Audio
stringlengths
109
111
Transcript
stringlengths
166
12k
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo. Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la, nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?” Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.” Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be, “O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa. Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me. Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o. “Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: ‘Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome, ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.’ “Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye. O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.” Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la, eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.” Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ. Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie. Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi. Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye. Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo. Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me. Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o. Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!” Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme. Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?” Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ. Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me. Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo. Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o. Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo. Ame siwo wɔ dɔ ɖe wo yome la woe nye Melatia tso Gibeon, Yadon tso Meronot kple ŋutsu siwo tso Gibeon kple Mizpa; teƒe siawo katã le mɔmefia si le Frat Tɔsisi la godo la te. Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke. Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe. Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi. Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu. Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo. Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu. Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu. Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke. Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me. Ame siwo kplɔe ɖo la woe nye eƒe hlɔ̃metɔwo. Wowɔ dɔ le Bawai, Henadad ƒe vi, ame si nye Keila nuto la ƒe afã evelia dziɖula la ƒe dzikpɔkpɔ te. Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi. Emegbe la, Baruk, Zebai ƒe vi, ɖo gli la tso dzogoe la dzi yi Eliasib, nunɔlagã la, ƒe aƒe gbɔ. Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa. Ame siwo wɔ dɔ kplɔ wo ɖo la woe nye nunɔla siwo tso nuto siwo ƒo xlã wo la me. Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu. Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi, eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo. Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ. Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la. Le Sɔgbo la tame, nunɔlawo ɖɔ gli si le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo. Zadok, Imer ƒe vi, hã gbugbɔ gli si le eƒe aƒe kasa la ɖo. Semaya, Sekania ƒe vi, Ɣedzeƒegbo la ŋudzɔla, kplɔe ɖo. Le esia yome Hananiya, Selemia ƒe vi, Hanun, Zalaf ƒe viŋutsu adelia kple Mesulam, Berekia ƒe vi woɖo gli la le woƒe aƒewo ŋu. Malkiya, sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka ɖo gli la va ɖo keke gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe nɔƒe kple asitsalawo ƒe takpeƒe le “Mustagbo” la ƒe akpa kemɛ heyi dziƒoxɔ la gbɔ le dzogoe la dzi. Sikaɖaŋuwɔla kple asitsala bubuawo wu gli la nu tso dzogoe ma dzi yi ɖatɔ Alẽgbo la.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!” Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!” Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi. Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.” Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo. Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie. Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ vɛ. Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie. Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.” Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ. Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.” Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o. Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.” Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi. Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ, siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia. Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi. Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti, eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!” Ale míeyi dɔ la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã lé akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato. Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me. Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu. Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.” Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.” Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.” Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!” Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie. Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo. Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o. Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa? Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi! Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.” Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o. Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi. Meʋuʋu nye awutoga hegblɔ na wo be, “Alea kee Mawu aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi o la, ado goe le eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpe ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu, eya ta nenem ƒe ame ma woatrɔe akɔ ɖi, eye woaɖi gbɔloe!” Esi megblɔ esia vɔ la, ame haho la katã xɔ ɖe edzi be, “Amen.” Wo katã wokafu Yehowa, eye ameawo wɔ abe ale si wodo ŋugbee ene. Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o. Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o. Mekpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu, eye nyemedi anyigba aɖeke be maƒle na ɖokuinye o. Mena nye kpeɖeŋutɔwo hã kpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu. Mewɔ esiawo katã togbɔ be menaa nuɖuɖu Yudatɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃ (150) gbe sia gbe kpe ɖe amedzro siwo tsoa anyigba bubuwo dzi ŋu hã. Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la, Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim, eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?” Woɖo du ma ke ɖem zi ene, eye nye hã meɖo ŋuɖoɖo ma ke ɖe wo ɣe sia ɣi. Ke zi atɔ̃lia la, Sanbalat ɖo eƒe dɔla ɖem kple gbedeasi ma ke, eye wòlé agbalẽ si nu wometre o la ɖe asi. Eme nyawoe nye: “Woɖe gbeƒã le dukɔwo dome be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eya ta miele gli la ɖɔm ɖo. Gesem ɖo kpe edzi be ele eme. Gawu la, le nya siwo gblɔm wole nu la, esusɔ vie woatsɔ wò aɖo woƒe fiae, eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.” Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.” Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.” Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.” Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.” Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!” Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi. Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ. Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.” Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe. Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu. Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome. Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta. Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo. Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu. Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me. Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye. Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana. Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale: Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172). Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372). Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652). Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818). Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845). Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760). Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648). Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628). Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322). Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667). Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067). Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655). Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98). Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328). Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324). Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112). Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95). Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188). Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42). Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743). Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621). Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122). Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123). Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52). Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320). Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345). Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721). Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930). Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973). Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052). Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247). Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017). Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74). Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (148). Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138). Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa, Tabaot, Keros, Sia, Paɖɔn, Lebana, Hagaba, Salmai, Hanan, Gidel, Gahar, Reaia, Rezin, Nekoda, Gazam, Uza, Pasea, Besai, Meunim, Nefuesim, Bakbuk, Hakufa, Harhur, Bazlut, Mehida, Harsa, Barkos, Sisera, Tema, Nezia kple Hatifa. Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye: Sotai, Soferet, Perida, Yaala, Darkon, Gidel, Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Amon. Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392). Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o. Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642). Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo. Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ. Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o. Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi. Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720). Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530). Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi (168) kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ (1,250). Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre. Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
wo katã wova ƒo ƒu ɖe ablɔ si dze ŋgɔ Tsigbo la me. Wogblɔ na agbalẽfiala Ezra be wòatsɔ Mose ƒe Segbalẽ, si Yehowa tsɔ na Israelviwo la vɛ. Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu. Exlẽe na wo kple ɣli tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to. Edze ŋgɔ ablɔ si le Tsigbo la ŋgɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la ŋkume. Ameawo katã wonɔ to dzi esime wònɔ Segbalẽ la xlẽm. Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame. Ezra ʋu agbalẽ la. Amewo katã ate ŋu akpɔe, elabena etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe, eye esi wòʋu agbalẽa la, ameawo katã tsi tsitre. Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa. Yesua, Bani, Serebia, Yamin, Akub, Sabetai, Hodia, Maaseya, Kelita, Azaria, Yozabad, Hanan kple Pelaya, ame siwo nye Levitɔwo la, woxlẽ Se la na ameawo esi wonɔ tsitre ɖe afi ma. Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme. Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem. Nehemia gblɔ na wo be, “Miyi miaɖu nuɖuɖu nyui, miano aha vivi, eye miaɖo ɖe ɖe ame siwo mekpɔ naneke ɖa o. Esia nye ŋkeke kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la. Migaxa nu o, elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye miaƒe ŋusẽ.” Levitɔwo hã fa akɔ na ameawo be, “Miɖi ɖe eme, elabena egbee nye ŋkeke kɔkɔe. Migaxa nu o.” Ale ameawo kaka, woyi ɖadi ŋkekenyuinuwo ɖu, wono nu, eye woɖo nunanawo ɖe wo nɔewo kple hiãtɔwo. Enye dzidzɔŋkekenyui gã aɖe woɖu, elabena wokpɔ mɔnu se Mawu ƒe nya, eye wote ŋu se egɔme hã. Esi ŋu ke la, ƒometatɔwo, nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu, eye wona agbalẽfiala Ezra gaɖe Seawo me na wo tsitotsito. Wode dzesii le Seawo sɔsrɔ̃ me be, Yehowa de se to Mose dzi be, ele na Israelviwo be, woanɔ agbadɔwo me le Agbadɔmeŋkekenyuiwo me. Mawu gblɔ hã be, woaɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem hã be, “Miyi toawo dzi, eye miatso amiti, gbemiti, mirteti, deti kple gboti ƒe alɔwo atu agbadɔwo, eye mianɔ wo me abe ale si woŋlɔe ɖi ene.” Ale ameawo yi ɖatso atilɔawo hetu agbadɔwo ɖe gbadzaƒewo le xɔwo tame, ɖe xɔxɔnuwo, gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋgɔ kple ɖe gbadzaƒe si le Efraimgbo la ŋgɔ. Ame siwo katã trɔ tso aboyome la tu agbadɔwo, eye wonɔ wo me. Tso Yosua, Nun ƒe vi ƒe ŋkekewo me va se ɖe gbe ma gbe la, Israelviwo megaɖu azã sia kpɔ abe ale si woɖui gbe ma gbe ene o, eye woƒe dzidzɔkpɔkpɔ gbã go. Gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Ezra xlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo. Woɖu azã la ŋkeke adre, eye abe ale si wòle Sea nue ene la, woyɔ takpekpe le ŋkeke enyia gbe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me. Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani. Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia. Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna. “Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham. Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla. “Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to. Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta. Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me. Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ. “Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo. Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi. “Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo. Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo. “Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o, togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu, ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me. Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o. Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o! “Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo. Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi. Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo! Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi. “Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo. Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe “Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me! Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi. Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye! “Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe. Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí. Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o. Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. “Ale míeganye kluviwo le afii, le anyigba si dzi nu nyuiwo bɔ ɖo fũu la dzi! Míeganye kluviwo le nu nyui gbogbo siawo dome! Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.” “Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye: Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia, Seraya, Azaria, Yeremia, Pasur, Amaria, Malkiya, Hatus, Sebania, Maluk, Harim, Meremot, Obadia, Daniel, Gineton, Baruk, Mesulam, Abiya, Miyamin, Maazia, Bilgai kple Semaya. Ame siawo katã nye nunɔlawo. Levitɔ siwo de asi nubabla la te la woe nye: Yesua, Azania ƒe vi, Binui, Henadad ƒe vi, Kadmiel, Sebania, Hodia, Kelita, Pelaya, Hanan, Mika, Rehob, Hasabia, Zakur, Serebia, Sebania, Hodia, Bani kple Beninu. Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye: Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani, Buni, Azgad, Bebai, Adoniya, Bigvai, Adin, Ater, Hezekia, Azur, Hodia, Hasum, Bezai, Harif, Anatɔt, Nebai, Magpias, Mesulam, Hezir, Mesezabel, Zadok, Yaɖua, Pelatia, Hanan, Anaya, Hosea, Hananiya, Hasub, Halohes, Pilha, Sobek, Rehum, Hasabna, Maaseya, Ahiya, Hanan, Anan, Maluk, Harim kple Baana. Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu. Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi. “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o. “Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me. “Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ, elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me. “Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene. “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me. “Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me. “Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si. Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la. Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem. Ame aɖewo ʋu va Yerusalem le wo ɖokui si, eye wode bubu gã aɖe wo ŋu. Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda, le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem. Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe kplɔlawoe nye: Ataya, Uzia ƒe vi. Uzia fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Amaria, ame si fofoe nye Sefatia, ame si fofoe nye Mahalalel, ame si nye Perez ƒe dzidzimevi; Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi. Ame siawo nye Perez ƒe dzidzimevi dzɔatsu alafa ene kple blaade-vɔ-enyi (468) siwo nɔ Yerusalem. Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye: Salu, Mesulam ƒe vi. Mesulam fofoe nye Yoed, ame si fofoe nye Pedaya, Kolaya ƒe vi, ame si fofoe nye Maaseya, ame si fofoe nye Itiel, Yesaya ƒe vi. Gabai kple Salai ƒe dzidzimevi nye alafa asieke kple blaeve-vɔ-enyi (928). Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Kplɔla siwo tso nunɔlawo dome: Yedaia, Yoyarib ƒe vi, Yakin, Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã. Nunɔla alafa enyi kple blaeve-vɔ-eve (822) nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me le ame siawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Adaya, Yeroham vi, ame si nye Pelalya vi, ame si nye Amzi vi, ame si nye Zaharia vi, ame si nye Pasur vi, ame si nye Malkiya vi. Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve (242); Amasai, Azarel ƒe vi, Ahzai ƒe vi, Mesilemɔt ƒe vi, Imer ƒe vi si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Woƒe amegãe nye Zabdiel, Hagedolim ƒe vi. Levitɔwo ƒe kplɔlawoe nye: Semaya, Hashub ƒe vi. Hashub fofoe nye Azrikam, ame si fofoe nye Hasabia, Buni ƒe vi; Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi; Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi. Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene (284). Agbonudzɔlawo: Akub, Talmon kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo dzɔa agboawo nu le ŋutsu alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (172). Israelvi mamlɛawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kaka ɖe Yuda duwo me, ame sia ame nɔ eƒe ƒomenyigba dzi. Ke gbedoxɔmedɔwɔlawo katã, ame siwo ƒe kplɔlawoe nye Ziha kple Gispa la nɔ Ofel. Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me. Hadzila siawo nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te, ame si wɔa ɖoɖo ɖe woƒe gbe sia gbe ƒe wɔnawo ŋu. Petahia, Mesezabel ƒe vi, ame si dzɔ tso Zera, Yuda ƒe vi me la naa kpekpeɖeŋu le dua dzi ɖuɖu ƒe nyawo katã me. Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la. Yesua, Molada, Bet Pelet, Hazar Sual, Beerseba kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo, Ziklag; Mekona kple woƒe kɔƒewo, Enrimɔn, Zora, Yarmut, Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to. Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo, Anatɔt, Nɔb, Anania, Hazor, Rama, Gitaim, Hadid, Zeboim, Nebalat, Lod, Ono kple Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Balime. Woɖo Levitɔ aɖewo, ame siwo nɔ Yuda la ɖa be woanɔ Benyamin ƒe viwo gbɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye: Seraya, Yeremia, Ezra, Amaria, Maluk, Hatus, Sekania, Rehum, Meremot, Ido, Gineton, Abiya, Miyamin, Madia, Bilga, Semaya, Yoyarib, Yedaia, Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia. Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le Yesua ƒe ɣeyiɣiwo me. Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me. Yesua nye Yoyakim fofo, Yoyakim nye Eliasib fofo, Eliasib nye Yoiada fofo, Yoiada nye Yonatan fofo, Yonatan nye Yaɖua fofo, Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye: Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ, Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ, Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ, Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ, Yosef nye Sebania ƒomea ƒe tatɔ, Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ, Helkai nye Meremot ƒomea ƒe tatɔ, Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ, Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ, Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ, Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ, Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ, Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ, Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ, Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ, Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ, Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ, Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ. Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli. Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi. Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene. Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub. Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala. Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo. Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ. Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu. Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ. Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome, kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam, Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu. Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi, kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la. Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo. Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ, heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ. Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã kple nunɔla siawo: Eliakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zekaria kple Hananiya kple woƒe kpẽwo, eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te. Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke! Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu. Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli. Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o, elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra. Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome. Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la, trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ. Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala, eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la, medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe. Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me. Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me. Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me. Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me. Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o. Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti. Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi. Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la? Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!” Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o. Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo, ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi. Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu. Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab, eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o. Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o. Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me. Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?” Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me. O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla. Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ. Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be, “Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene. “ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu. Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu. Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu. Ele nɛ be wòako numevɔsalã la eye wòaflii. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woaɖo nake ɖe dzo la dzi. Ekema Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo, atsɔ lãkɔwo, eƒe ta kple ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu. “ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la. Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo. Ekema amea afli lã la, eye nunɔla la atsɔ lãkɔawo, lã la ƒe ta kple eƒe ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa. “ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi. Nunɔla la atsɔ xevi la ayi vɔsamlekpui la gbɔ, atro kɔ le enu, ana eƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi le vɔsamlekpui la ƒe axadzi, eye woame lã la le vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la. Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“ ‘Ame si di be yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la atsɔ wɔ memee, akɔ ami kple dzudzɔdotike ɖe edzi, eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu. Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. “ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene. Ne woatɔ nane kple ami atsɔ ana abe nuɖuvɔsa ene la, woatsɔ wɔ memee maʋamaʋã atɔe. Woaflii kakɛkakɛ, eye woakɔ ami ɖe edzi. Esia hã nye nuɖuvɔsa aɖe. Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si woɖa la, woaɖae kple wɔ memee, eye woakɔ ami ɖe edzi. Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si wome le kpo me, tɔ alo mee le dzo dzi la, ele be nàtsɔ nuɖuvɔsa la ayi na nunɔla, eye eya atsɔe ayi vɔsamlekpui la dzi, eye eya atsɔe ana Yehowa. Nunɔlaa atɔ dzo vɔsanu la ƒe akpa aɖe ko, ke Yehowa akpɔ ŋudzedze le vɔsanu blibo la ŋuti. Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. “ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o. Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o. Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me. “ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ. Kɔ ami ɖe edzi, eye nàkpe dzudzɔdonu ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae. Ekema nunɔla la atɔ dzo bli gbagbã la kple amia ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã abe dzovɔsa ene na Yehowa.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa. Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu. Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le lã la ƒe ali gbɔ kple esi le aklã la ŋu; aɖewo kple ayikuawo. Nunɔlaawo atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi hekpe ɖe numevɔsa la ŋu. Nuɖuvɔsa sia anye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. “ ‘Ne wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ sa akpedavɔe na Yehowa la, ele be wòade blibo; ate ŋu anye agbo alo alẽnɔ, gbɔ̃tsu alo gbɔ̃nɔ. Nenye alẽvie wòatsɔ vɛ la, ele be wòatsɔe ava Yehowa ŋkume. Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu. Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple aklã. Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ gbɔ̃ vɛ be yeasa vɔ na Yehowa la, atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu, eye wòatɔ dzo ami si le dɔ me nɛ kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu te ɖe lã la ƒe ali ŋu kple ami si le lã la ƒe aklã ŋu la, esi woaɖe ɖa kple ayikuawo. Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ. Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gade se siawo na Mose: “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu. “ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume. Ekema nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume. Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, nunɔla la aɖe ami le nyitsua ƒe dɔmenuawo, ayiku eveawo kple aklã la ŋu, eye wòatɔ dzo wo ɖe numevɔsamlekpui la dzi abe ale si wotsɔa nyitsu alo nyinɔ sãa akpedavɔ ene tututu. Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu, kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi. “ ‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ. Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ. Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume. Nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume. Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Woaɖe eƒe ami ɖe sia ɖe, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Woawɔ nu siwo katã wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsasa me. Ale nunɔla la alé avu ɖe dukɔ la nu, eye Mawu atsɔ nu vɔ̃ la ake ame sia ame. Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta. “ ‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o, ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene. Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ne dukɔmevi aɖe da le Yehowa ƒe sewo dzi, gake menya be yewɔ nu vɔ̃ o la, eɖi fɔ. Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta. Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui. Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ke ne edi be yeasa vɔ la kple alẽ la, ekema ele be wòanye alẽnɔ si de blibo. Akplɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã ene. Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃. “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã. Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ. Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ. Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me, eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o. “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa. Nunɔla la atsɔ xevi eveawo dometɔ si wotsɔ nɛ gbã la, asa nu vɔ̃ vɔsae. Atro kɔ le xevi la nu, gake mana eƒe kɔ naɖe le enu o. Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Nunɔla la atsɔ xevi evelia awɔ numevɔsae to mɔ siwo woɖo da ɖi la dzi. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu le eƒe nu vɔ̃ ta, eye Mawu atsɔe akee. “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae. Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa. Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee. “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ. Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee. Ele be wòatsɔe ana abe fɔɖivɔsa ene, elabena eɖi fɔ le Yehowa ŋkume.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi. Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe, ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.” Yehowa gagblɔ na Mose be, “De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la. Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo. Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ” “Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume. Nunɔla la aɖe wɔ memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa tɔ ene tso nu si wotsɔ vɛ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ gã. Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene. Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ. Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe vɛ na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o.” Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo. “Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aka asi lã la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe. Ekema woagbã ze si me wonya awu la le. Ne enye akɔblizee la, woaklɔe nyuie. Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ mɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye. Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye. “Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo. Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike, ami si le dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa. Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye. “Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu. Nenye numevɔsae la, ekema woatsɔ lã la ƒe agbalẽ hã ana nunɔla la. Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me. Nuɖuvɔsa bubuawo katã, ne wode ami wo, alo womede ami wo o hã, anye Aron ƒe viŋutsuwo katã tɔ. “Esiawoe nye akpedavɔsa tɔxɛwo na Yehowa ŋu sewo: “Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu. Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ. Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu. Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o. “Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke. Woatɔ dzo vɔsanu si asusɔ va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la. Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ. “ ‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu. Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ. Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ” Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “De se na Israelviwo be, ‘Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami o, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o. Miate ŋu awɔ lã si lé dɔ heku alo lã si lã wɔadã aɖe wu la ƒe ami ŋu dɔ le mɔ bubuwo nu, gake mimaɖui gbeɖegbeɖe o. Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me. Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o. Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’ ” Yehowa gagblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ. Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa. Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ. Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la. Aron ƒe viŋutsu si atsɔ akpedavɔsalã la ƒe ʋu kple ami ana la axɔ lã la ƒe ɖusita, elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.” Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo, elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime. Esiawoe nye se siwo ku ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa kple esiwo ku ɖe ameŋutikɔvɔsa kple akpedavɔsa ŋu. Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le, eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.” Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.” Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo, eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron. Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me. Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene. Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti. Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu. Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu. Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ. Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo. Efli agbo la, eye wòtɔ dzo lãkɔ la, eƒe ta kple eƒe ami. Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ. Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. Mose wui, eye wòsisi ʋua ɖe Aron ƒe nuɖusito, eƒe asi ƒe adegblefetsu ɖusitɔ kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu. Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Mose tsɔ agbo la ƒe ami, asike la, ami si le dɔmenuwo ŋu, aklã kple ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpe ɖe eƒe ɖusita ŋu. Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka. Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene. Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu. Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene. Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ. Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene. Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo. “Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ. Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ. Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.” Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo, eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume. Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa. Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.” Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume. Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.” Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene. Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta. Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo. Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene. Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene. Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde nɛ la nu. Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã. Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene. Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi. Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la, eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o, eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume. Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo. Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.” Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene. Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve, Eleaza kple Itamar be, “Migafa ame kukuawo o, eye migagblẽ miaƒe ɖa ɖi mavumavui abe konyifafa ƒe dzesi ene o; migadze miaƒe awuwo hã o. Ne miewɔ nu siawo la, eƒe dziku abi ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Ke Israelvi bubuawo ya ate ŋu afa avi na Nadab kple Abihu le dzo dziŋɔ si Yehowa ɖo ɖa la ta. Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi. Yehowa gblɔ na Aron bena, “Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna. Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome, eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.” Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe, eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam. Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me. “Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.” Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu. Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome? Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.” Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?” Esi Mose se nya siawo la, eƒe dzi dze eme.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu. Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna. “ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi. Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi. Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. “ ‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me. Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi. Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi. “ ‘Xe siawo nanyɔ ŋu na mi, eye miaɖu wo o, elabena wonye ŋunyɔnuwo: hɔ̃, akaga, akpo, aʋako dzĩtɔwo kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovovoawo, adzexe si to dzo ɖe ta, adzexe ŋutɔ, golo, tsalɛ̃, aʋako, ʋlukuku, tsimese, kple aŋɔɣi, favieʋuto, aluge kple akaga, damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. “ ‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi. Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba. Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã. Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o. “ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene. “ ‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ. Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu. “ ‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo, xɔmenyatri, ve, adoglo, atɔ kple agama. Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ. Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la. Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o. Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe. Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o. Ne nu kukua ka nuku aɖe si ƒã ge wole ŋu la, nuku la mezu nuku makɔmakɔ o. Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o. “ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o. Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri. Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka wo ŋu me o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o. Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu. Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe. Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o. Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm. “ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu, nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe. “ ‘Esiawoe nye nu siwo wòle be woawɔ le vidzidzi megbe. Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ. Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o. Ke ne teƒe si fu kpii la menye ɖe eme vie o, eye fu si le teƒea mefu o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu. Nunɔla la agadoe akpɔ le ŋkeke adre evelia gbe. Ne dɔléle la dzi ka ɖe, eye teƒea megakeke ɖe edzi o la, ekema nunɔla la atso nya me be amea ŋuti kɔ, dzi koe ƒo ɖe eŋu. Nu si amea awɔ la koe nye wòanya eƒe awuwo, eye eƒe ŋuti akɔ, gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ. Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze. “Ne ame aɖe dze ŋutigbalẽdɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu la, woakplɔe ayi nunɔla gbɔe. Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la, ekema eme kɔ ƒãa be anyie, eye nunɔla la naɖe gbeƒã be eŋu mekɔ o. Mele be woagatu amea ɖe xɔ me be woagalé ŋku ɖe eŋu o, elabena eme kɔ ƒãa be edze dɔ la. “Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ, kple afi sia afi si wòakpɔ ɖa le la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, nenye be eŋuti katã fu kpii la, ekema eŋuti kɔ le se la nu. Ke ne eƒe ŋutilã ƒe teƒe aɖe ƒlɔ la, ekema efia be edze kpodɔ. Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o. Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ, eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ. “Ne ƒoƒoe ƒo ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, wòɖi tsi vɔ, eye le teƒe si ƒoƒoe la ƒo nɛ nu ƒoƒoe wuliwuli aɖewo ƒo ɖi esiwo le ɣie alo le nu dzĩ kple nu ɣi dome la, ele nɛ be wòatsɔ eɖokui afia nunɔlaa. Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe. Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. Ne teƒea keke ɖe edzi le ŋkeke adre mawo me la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, ezu kpodɔléla. Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ. “Ne dzo me ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, eye emegbe teƒea biã loo alo le biabiã kple fufu dome alo fu kpii le teƒe si dzoa me na amea la, ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi. Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, teƒea ƒe biabia metso amea ƒe lãme ke o, eye eƒe amadede dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema nunɔla la atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋu mekɔ o, edze kpodɔ. Ke ne teƒe biabiã la medze le teƒe bubu aɖeke loo alo keke ɖe edzi o, eye eƒe biabiã dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema wòanya be dzobi la ƒe abiteƒe koe. Ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, dzobi la teƒe koe ɖi atse. “Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe dze abi ɖe ta alo glã la, nunɔla alé ŋku ɖe abi la ŋu. Ne abi la teƒe dze abe ɖe wòde eme wu amea ƒe ŋutilã, ɖa si le afi ma ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene, eye wòle belie la, nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋuti mekɔ o; enye ta alo glã ƒe dɔléle. Ke ne nunɔla la kpɔ be ŋutigbalẽ la ŋuti ko abi la dzɔ tso, eye ɖa yibɔ le abia me la, ekema atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la, ekema nunɔla la aƒlɔ ɖa, aƒo xlã teƒe la, ke menye le teƒea ŋutɔ o. Nunɔla la agatui ɖe xɔ me ŋkeke adre bubu, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ. Ke ne teƒe la de asi keke me ɖe edzi emegbe la, ekema nunɔla la agadoe kpɔ, eye magalala be yeakpɔ be ɖa ƒe amadede trɔ ɖi aŋuti ɖiɖi hafi wòatso nya me be amea dze kpodɔ o. Gake ne edze be teƒe la megale kekem ɖe edzi o, eye ɖa yibɔ le teƒea la, ekema dɔléle la nu tso, amea menye kpodɔléla o, eya ta nunɔla la atso nya me be eƒe ŋuti kɔ. “Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo fu kpii, eye teƒe la ƒe fufu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema amea medze anyi o, ke boŋ dɔléle aɖe koe ƒo ɖe eŋu. “Womatsɔ ame aɖeke ƒe ɖa ƒe bebe le ta nɛ abe anyidzedze ene o! Ne ɖa vɔ le ame aɖe ƒe ŋgonu la, ekema amea ƒe ŋgoe kpã: esia menye anyidzedze o. Ke ne teƒe aɖe le biabiã kple fufu dome le ta kpakpã la teƒe la, ekema anye kpodɔ dzem wòle. Ekema nunɔla la adoe akpɔ. Ne teƒe la le kpokploo, mebiã tututu o, eye mefu tututu abe kpodɔ ƒe dzesi ene o hã la, ekema nunɔla la atso nya me be amea dze kpodɔ. “Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’ Ŋkeke ale si dɔléle la le eŋu ko la, eŋuti mekɔ o. Ele be wòanɔ asaɖa la godo.” “Ne nane dze le nudodo alo nutata aɖe me, eɖanye lãfu tɔ alo ɖeti tɔ, alo nu si wolɔ̃ kple ɖeti alo lãfu, eye aŋgbamu alo ama dzĩ teƒe aɖe le eme la, anye kpodɔ. Ekema woatsɔ nu la ayi na nunɔla wòadoe akpɔ. Nunɔla la atsɔ nu la adzra ɖo ŋkeke adre, eye wòagalé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la keke ɖe edzi la, ekema kpodɔ si woate ŋu axɔ lae. Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe. “Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe, eye wòkpɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o la, ekema ana woanya alo aklɔ nu la, eye wòatsɔe adzra ɖo ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme. Ne nunɔla la kpɔ be teƒe la ƒe amadede klo le nua nyanya megbe la, ekema alã teƒe la ɖa le avɔ la, lãgbalẽnu alo nu lɔlɔ̃ la me. Ke ne wogakpɔ dzesi ma le nu lɔlɔ̃a me la, ekema kpodɔe: ele be nunɔla la natɔ dzoe. Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe kpodɔ ƒe avɔ si wolɔ̃ kple lãfu alo ɖeti me nɔnɔ ŋuti. Wofia ale si woawɔ aka ɖe edzi be kpodɔléle la le eme loo alo mele eme o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Esiawoe nye ɖoɖowo na ame si dze dɔ le ameŋukɔɣi ne wokplɔe va nunɔla gbɔe. Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la, ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ. Nunɔla la ana woawu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. Woanyrɔ xevi evelia si le agbe la kple sedati, ka dzẽ kpakple kakle la ɖe xeviʋu la me le zea me. Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo. “Ame si ŋu wokɔ la, anya eƒe awuwo, aƒlɔ eƒe taɖa katã ɖa, ale tsi, eye wòayi aɖanɔ asaɖa la me azɔ. Ke anɔ eƒe agbadɔ godo ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea gbe la, agaƒlɔ eƒe taɖa ƒioƒioƒio, alũ eƒe ge kple eƒe adzugo, anya eƒe awuwo, ale tsi, ekema woabui be kpodɔ la vɔ le eŋu azɔ keŋkeŋ. “Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia. Nunɔla si doe kpɔ la atsɔ amea kple eƒe nunana aɖo Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ alẽawo dometɔ ɖeka kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la, eye wòatsɔ wo ana Yehowa abe fɔɖivɔsa ene to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe. Nunɔla la asisi fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe ame si ŋuti kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu, ɖe eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu ŋu kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu ŋu. Emegbe nunɔla la akɔ ami la ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome. Nunɔla la atsɔ eƒe nuɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ade ami la me, eye wòahlẽe kple eƒe asibidɛ zi adre le Yehowa ŋkume. Nunɔla la asisi ami si susɔ ɖe eƒe miasiƒome la ɖe amea ƒe ɖusito kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu, abe ale si wòwɔ kple fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ene. Atsɔ ami si gasusɔ ɖe eƒe miasiƒome la asi ɖe ta nɛ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. “Le esia megbe la, nunɔla la asa nu vɔ̃ vɔsa la, eye wòagalé avu le ame si ŋu kɔm wòle tso kpodɔ si me la nu. Nunɔla la awu numevɔsalã la, eye wòatsɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe eŋu atsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui la dzi, alé avu ɖe amea nu, ekema woagblɔ be amea ŋuti kɔ keŋkeŋ azɔ. “Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽvi eve o la, ekema ana agbovi ɖeka ko na fɔɖivɔsa la be woatsɔ ana Yehowa hena avuléle to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Nu siwo agakpe ɖe esia ŋu koe nye wɔ memee kilogram ɖeka si dzi wokɔ ami ɖo hena nuɖuvɔsa la kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia. “Ele be wòagana akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, wo dometɔ si wòate ŋu ana ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ. Amea atsɔ wo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu le ŋkeke enyia gbe hena eŋutikɔkɔ le Yehowa ŋkume. Nunɔla la atsɔ alẽvi kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la asa fɔɖivɔ, eye wòanye wo le vɔsamlekpui la ŋgɔ abe wo tsɔtsɔ na Yehowa ƒe dzesi ene. Emegbe la, awu alẽvi la na fɔɖivɔsa la, eye wòasi ʋu la ƒe ɖe ɖe ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu dzi kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu dzi. Azɔ la, nunɔla la atrɔ ami la akɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome, eye wòatsɔ eƒe ɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ahlẽ ami la ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋkume. Ekema asi ami si le eƒe asiƒome la ƒe ɖe ɖe eƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu dzi, abe ale si wòwɔ kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ƒe ʋu ene. Nunɔla la atsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la asi na ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ta, atsɔ alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. Azɔ la, ana akpakpa eveawo alo ahɔnɛvi eveawo, wo dometɔ si wòate ŋui ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ kpe ɖe nuɖuvɔ ŋu. Nunɔla la alé avu ɖe amea nu le Yehowa ŋkume.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe ŋutigbalẽdɔléla siwo mate ŋu axe fe ɖe vɔsasa siwo woɖo hena wo ŋutikɔkɔ o la ŋu. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne mieɖo Kanaanyigba, afi si mele tsɔtsɔm na mi be wòanye mia tɔ dzi, eye meda kpodɔ ɖe aƒe aɖe me le anyigba la dzi la, ekema ele be aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla la be, ‘Edze nam abe ɖe kpodɔ le nye aƒe me ene!’ Nunɔla la ana woafɔ nu sia nu ado goe le aƒea me hafi wòalé ŋku ɖe aƒea ŋu, ale be nu siwo le aƒea me la dometɔ aɖeke magazu nu makɔmakɔ ne ekpɔ be kpodɔ le aƒea me o. Ne ekpɔ aŋgbamu ƒe teƒe kple teƒe dzĩ aɖewo le aƒea me ƒe gliwo ŋu, eye teƒe mawo dze abe ɖe wonye ɖe eme vie ene la, ele be nunɔla la natu aƒe la ŋkeke adre, eye wòatrɔ ava le ŋkeke adrea gbe be wòagalé ŋku ɖe aƒea ŋu. Ne teƒeawo keke ɖe edzi le gliawo ŋu la, ekema nunɔla la ana woadza teƒe mawo ɖa le gliawo ŋu, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. Woatsɔ kpe yeyewo aɖɔli kpe xoxo siwo woho le gliawo me, eye woagbugbɔ gliawo ŋu azrɔ̃. “Ne aŋgbamu teƒe kple teƒe dzĩawo gadze la, nunɔla la agava alé ŋku ɖe wo ŋu, eye ne ekpɔ be wokeke ɖe edzi la, ekema atso nya me be kpodɔe, eye aƒea ŋu mekɔ o. Ana woagbã xɔ la, eye woalɔ kpeawo, atiawo kple anyi la aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. “Ame sia ame si ge ɖe aƒea me le esime wotui la, ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele na ame sia ame si mlɔ aƒea me alo ɖu nu le eme la be wòanya eƒe awuwo. “Ke ne nunɔla la va zi evelia be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu, eye teƒeawo megadze le gliawo ŋu zɔzrɔ̃ megbe o la, ekema atso nya me be aƒea ŋu kɔ, eye kpodɔ la megali o. Atsɔ xevi eve, sedati, ka dzĩ kple kakle awɔ nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawoe. Awu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. Ekema atsɔ sedati la, kakle la, ka dzĩ la kple xevi gbagbe la ade xevi si wowu la ƒe ʋu kple tsi nyui me, eye wòahlẽe ɖe aƒea ŋu zi adre. Akɔ aƒea ŋu kple xevi la ƒe ʋu, tsi nyui la, xevi gbagbe la, sedati la kple kakle kple ka dzĩ la. Aɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo ayi gbe me le du la godo. Mɔ sia dzie wòato aɖe vɔ̃ ɖa le aƒe la ŋu, eye wòakɔ eŋuti.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe teƒe vovovo siwo kpodɔ ado ɖo la ŋu, le awu me loo alo le xɔ ŋu, le nutete teƒe, dzobi teƒe loo alo teƒe dzĩ aɖe le ame ƒe ŋutilã ŋu. Miato mɔ sia dzi anya nenye kpodɔe loo alo menye eyae o. Nu sia tae wona se siawo ɖo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o. Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o. “ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o, eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. “ ‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. “ ‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu sia nu si dzi afuɖɔla la anɔ ne ele sɔ dom la, ŋuti mekɔ o, eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. “ ‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ele be woagbã ze si ŋu ŋutsu la ka asii, eye woaklɔ atinu si ŋu wòka asii. “ ‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la. Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta. “ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ame sia ame si ka asi eƒe nunɔdzi aɖe ŋu la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o. “ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene. Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta. “ ‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’ ” Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o, kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒo nu na Mose le Aron ƒe viŋutsu eveawo ƒe ku megbe esime wote ɖe Yehowa ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame. “Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa. Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo. Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa. “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta. Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le. Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ. Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi. “Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la, atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo. Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o. Atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ade asibidɛ eme, eye wòahlẽ ʋu la ɖe amenuvevezikpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòagahlẽe zi adre ɖe eŋgɔ. “Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene. Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go. “Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye wòahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la dzi zi adre kple eƒe asibidɛ. Ale wòakɔ eŋuti tso Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo me, eye wòawɔe kɔkɔe. “Ne ewu nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa le Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ blibo la kple vɔsamlekpui la ŋu ƒe wɔnawo nu la, ahe gbɔ̃ gbagbe si wotia na Azazel la vɛ. Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi. Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma. “Azɔ la, Aron agayi Agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu siwo wòdo esi wòyi xɔmetsovɔ la godo, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma le Agbadɔ la me. Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta. Ekema atɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi. “Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me. Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu. Emegbe la, ame si tɔ dzo lãawo la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòatrɔ ayi asaɖa la me. “Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o, elabena le ŋkeke sia dzi woalé avu na mi, akɔ mia ŋuti. Ekema le Yehowa ŋkume la, mia ŋuti akɔ tso miaƒe nu vɔ̃wo katã me. Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi. Le dzidzime bubuwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nunɔlagã si wosi ami na, eye wokɔ eŋuti ɖe Tɔgbuia Aron teƒe lae awɔ ŋutikɔkɔ kɔnu sia. Eyae nye ame si ado aklalawu kɔkɔeawo, eye wòakɔ Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ la, vɔsamlekpui la, nunɔlawo kple ameawo ŋu. “Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye se si Yehowa de: Israelvi ɖe sia ɖe si asa vɔ kple nyitsu, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo egodo le esime wòatsɔe ava Mawu ƒe Agbadɔ la nu bena woasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la, woabu ame ma be eɖi fɔ le ʋukɔkɔɖi me. Ekɔ ʋu ɖi, eye ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa vɔ le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ nɛ. Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ. Woawɔ alea, ale be amewo masa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.’ “Gblɔ na wo be, ‘Israelvi aɖe alo amedzro aɖe si le mia dome, ame si asa numevɔ alo vɔsa bubu aɖe, eye metsɔe va Mawu ƒe Agbadɔ la nu be wòasa vɔ la na Yehowa o la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. “ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome. Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la. Nu sia tae mede se na Israelviwo alo amedzro siwo le wo dome la be womekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke ƒe ʋu o ɖo. “ ‘Ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si yi adegbe, eye wòwu lã aɖe alo xevi aɖe, si ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu la, ele nɛ be wòatsyɔ ʋu la akɔ ɖe anyigba, eye wòakplɔ ke atsyɔ edzi, elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu lã ƒe ʋu la. “ ‘Kpe ɖe esia ŋu la, ele na ame sia ame, Israelvi alo amedzro, si aɖu lã aɖe si ku le eɖokui si alo lã aɖe si lã lénu aɖe vuvu la, be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eƒe ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Esia megbe la, eƒe ŋuti akɔ. Ke ne menya eƒe awuwo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ akpɔ eyomedzenu.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o. Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa. “ ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o. “ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o. “ ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ. “ ‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o. “ ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò. “ ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò. “ ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o. “ ‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o. “ ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae. “ ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe. “ ‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa. “ ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o, “ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o. “ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ. “ ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ. “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi. Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe. Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ. Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene. “ ‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe. “ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe. Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe, elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o. Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome. “ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o. Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o. “ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o. “ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi. “ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene. “ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Miwɔ nye seawo dzi. “ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o. Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo. Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee. “ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o. Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene. Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o. “ ‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o. “ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa. “ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi. “ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa! “ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o. Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu! “ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o. Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte. “ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee. Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la. Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la, ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo. “ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. “ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti. “ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu. “ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me. “ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. “ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. “ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go. “ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. “ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o. Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo. Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome. “ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã. Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo. “ ‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron ƒe vi nunɔlawo be, ‘Mele be nunɔla naƒo ɖi eɖokui to asikaka ame kukuwo ŋu me o, negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu, alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wòle eƒe dzikpɔkpɔ te, esi srɔ̃ mele esi o ta ene. Ate ŋu agblẽ kɔ na eɖokui le nɔvia nyɔnu sia ta. Ele be wòanɔ alea, elabena nunɔla nye kplɔla le ameawo dome, eye mele be wòaƒo ɖi eɖokui abe ame bubu siwo menye nunɔlawo ene o. “ ‘Nunɔla aɖeke mekpɔ mɔ aƒlɔ eƒe ta alo afɔ eƒe ge dzi alo asi eƒe ŋutigbalẽ o. Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe. Mele be nunɔla naɖe gbolo alo nyɔnu si gbe atsu o, elabena nunɔlawo le kɔkɔe na woƒe Mawu la. Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe. Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe. “ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o. Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o. Mekpɔ mɔ agblẽ eƒe Mawu la ƒe kɔkɔeƒe ɖi alo ado gui o, elabena wokɔ eya amea ŋuti kple eƒe Mawu la ƒe ami kɔkɔe; nyee nye Yehowa. Ele be wòaɖe ɖetugbivi dzadzɛ aɖe. Maɖe ahosi alo nyɔnu si gbe atsu alo nyɔnu si atsu gbe loo alo gbolo o. Ele be wòaɖe ɖetugbi dzadzɛ tso eya ŋutɔ ƒe to la me, elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Le dzidzime siwo gbɔna me la, nuwɔametɔ aɖeke mekpɔ mɔ ate va be yeatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔ̃e o. Manye le kpɔɖeŋu me, ame si nye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃, ame si ƒe ŋɔti gbã alo ame si to asibidɛ ade alo afɔbidɛ ade, alo wòŋe ata alo abɔ alo wòɖo kpo alo wònye ame kpui zegede alo tasi le ŋku dzi nɛ, wòdze akpa alo wòɖo vo o. Ne amea nye Aron ƒe dzidzimevi hã la, womeɖe mɔ nɛ be wòawɔ dzovɔsa aɖeke na Yehowa o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta. Womaɖe mɔ nɛ be wòawɔ vɔsa aɖeke na Mawu o. Ke ekpɔ mɔ aɖu nunɔlawo ƒe nu tso vɔ siwo wosa na Mawu la me, tso vɔsa kɔkɔewo kple vɔsa kɔkɔetɔwo kekeake me, gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ” Ale Mose de se siawo na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa. “Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu, alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la, nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi. Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo. Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa. “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti. “ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me. Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o. Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. “ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu, elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na. Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la, Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃. Mele be woana nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke le la o, elabena Mawu maxɔe o. Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o. Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o. Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o. Womatsɔ lã si nuvevi wɔ voku na alo lã si wota la ana Yehowa ɣe aɖeke ɣi o. Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa. Mègawu nyi alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o. “Ne èsa akpedavɔ na Yehowa la, sae ale be woate ŋu axɔe na wò. Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa. “Ele be mialé nye seawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa. Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe, eye mekplɔ mi tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene. “ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me. “ ‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi. Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ. “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. Hena ŋkeke adre la, miawɔ dzovɔsa na Yehowa, eye le ŋkeke adrelia dzi la, yɔ takpekpe kɔkɔe, eye miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke la dzi o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la. Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke. Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa. Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ. Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la. “ ‘Tso Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke, gbe si gbe mietsɔ lu babla gbãtɔ vɛ, eye mienyee le yame la, xlẽ kɔsiɖa blibo adre. Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa. Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa. Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa. Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe. Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene. Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime. “ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku. Migawɔ gbe sia gbe dɔwo o, ke boŋ misa dzovɔ na Yehowa.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa. Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome. Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ. Ŋkeke sia nye dzudzɔgbe; miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase veve ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Avuléɣeyiɣi sia adze egɔme tso fiẽ si do ŋgɔ na Avuléŋkekenyui la, eye wòayi edzi va se ɖe ŋkekenyui la ƒe fiẽ.” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’ (“ ‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.) “ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo. Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ. Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime. Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me. Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Le Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime. Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi. “Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe, ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi. Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa, Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi. Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.” Gbe ɖeka, le asaɖa la me la, ɖekakpui aɖe si dada nye Israel nyɔnu, eye fofoa nye Egiptetɔ la wɔ avu kple Israel ŋutsu aɖe. Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.) Wodee gaxɔ me va se ɖe esime Yehowa aɖe nu si woawɔe la afia. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee. Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ƒo fi de eƒe Mawu la, ekema eɖi fɔ; woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui. “ ‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã. Ne ame aɖe wu lã aɖe si menye etɔ o la, ele be wòaɖoe eteƒe. To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu: ƒuŋeŋe ɖe ƒuŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe. Nu sia nu si ame aɖe awɔ nɔvia la, woawɔ nu ma tututu eya hã. “ ‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã. Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu dzudzɔgbe na Yehowa. Miaƒã miaƒe nukuwo, aɖe miaƒe waintiwo ŋu, eye miaxa miaƒe agblemenukuwo, ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o. Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko, hekpe ɖe wò aƒemelãwo kple lã wɔadã siwo le wò anyigba dzi la ŋu. Nu sia nu si anyigba la na la, woate ŋu aɖui. “ ‘Xlẽ dzudzɔƒe teƒe adre ale be dzudzɔƒe teƒe adreawo ƒe teƒe adre nanye ƒe blaene-vɔ- asiekɛ. Ekema na woaku kpẽ le afi sia afi le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewoa gbe; le Avuléŋkeke la dzi la, na woaku kpẽ le wò anyigba blibo la dzi. Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me. Ƒe blaatɔ̃lia anye Aseyetsoƒe na mi. Migaƒã nu alo axa nuku siwo mie le woawo ŋutɔ ɖokui si alo agbe waintsetse siwo tsi gbe me o, elabena Aseyetsoƒe kɔkɔe aɖee wònye na mi. Le ƒe ma me la, miaƒe nuɖuɖu anye nuku siwo miexa tso agble me. “ ‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ! “ ‘Ne èdzra anyigba na Israelvi aɖe alo ƒlee le esi la, mègabae o. Aseyetsoƒe la ŋu nàƒle nu le nɔviwo si ɖo, eye ƒe ale si sinu nàŋe nu la ŋu wòadzrae na wò ɖo. Ne Aseyetsoƒe la le ŋgɔ ƒe geɖe la, anyigba la ƒe home akɔ. Ke ne ƒe ʋɛ aɖewo koe susɔ la, asi la abɔbɔ, elabena nu si ŋuti wole asi dom ɖo lae nye agblemenuku siwo anyigbatɔ yeye la akpɔ le anyigba la dzi. Migaba mia nɔewo o, ke boŋ mivɔ̃ miaƒe Mawu; nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ nye seawo dzi, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi. Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo. Ke miabia be, “Nu ka míaɖu le ƒe adrelia me esi womeɖe mɔ na mí be míaƒã nu alo aŋe nu le ƒe ma me o?” Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃. Ne mieƒã nukuwo le ƒe enyilia me la, miaɖu miaƒe nu xoxowo, eye miayi wo ɖuɖu dzi va se ɖe esime ƒe asiekɛlia ƒe nuŋeɣi naɖo. “ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye! Le anyigbadzadzra ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me la, ele be woaɖo kpe edzi be anyigbadzrala la agate ŋu agbugbɔ anyigba la axɔ ɣe sia ɣi. “ ‘Ne hiã tu ame aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba ƒe akpa aɖe la, ekema eƒe ƒometɔ tututuwo ate ŋu axe fe ɖe eta, axɔe. Ne ƒometɔ aɖeke meli si ate ŋu axɔe o, eye wòva kpɔ ga emegbe la, ekema eya ŋutɔ agate ŋu aƒlee ɣe sia ɣi, eye wòaxe ga ɖe eta ɖe nuŋeɣi siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe naɖo la nu. Ele be anyigbaƒlela la naxɔ ga la, eye wòagbugbɔ anyigba la na anyigbatɔ gbãtɔ. Ke ne anyigbatɔ gbãtɔ la mete ŋu gbugbɔe ƒle o la, ekema anyigba la anye eƒlela la tɔ va se ɖe Aseyetsoƒe la dzi. Ke ele be wòagbugbɔe na anyigbatɔ la le Aseyetsoƒe la me kokoko. “ ‘Ne ame aɖe dzra eƒe aƒe le du si woɖo gli ƒo xlãe me la, agate ŋu axɔe le ƒe ɖeka me ko. Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o. Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko. “ ‘Mele alea le Levitɔwo ya gome o. Levitɔwo ya ate ŋu agbugbɔ woƒe aƒewo axɔ ɣe sia ɣi, le du siwo wotsɔ na wo la me, ke ne Levitɔ aɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la ŋuti le Aseyetsoƒe la dzi, elabena Levitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israelviwo dome. Womeɖe mɔ na Levitɔwo be woadzra lãnyiƒenyigba siwo ƒo xlã woƒe duwo o, elabena wonye wo tɔ ɖikaa, eye womagate ŋu anye ame bubu aɖeke tɔ o. “ ‘Ne hiã tu hawòvi, Israelvi, eye magate ŋu akpɔ eɖokui dzi o la, enye wò dɔdeasi be nàkpe ɖe eŋu. Na wòava nɔ gbɔwò le wò aƒe me abe amedzro si dze gbɔwò ene. Mègaxɔ deme ɖe ga si nèdo nɛ la dzi o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu, eye nàna wòanɔ gbɔwò. Ɖo ŋku edzi be deme aɖeke mele eme o, eye nàna nu sia nu si hiãe la adzɔmaxɔe. Mègati viɖe yome o. Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu. “ ‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o, ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me. Le Aseyetsoƒe la me la, ate ŋu adzo kple viawo, eye wòatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple eƒe domenyinuwo gbɔ. Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo alo awɔ fu mi o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. “ ‘Miate ŋu aƒle kluviwo tso dukɔ bubu siwo ƒo xlã mi la me, eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã. Woanye kluviwo na mi tegbetegbe, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo. Ke mele be miawɔ mia nɔvi, Israelviwo ya nenema o. “ ‘Ne amedzro aɖe si le mia dome zu hotsuitɔ, eye ne Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na amedzro hotsuitɔ la alo hotsuitɔ la ƒe ƒometɔ la, Israelvi la nɔviŋutsu, fofoa alo dadaa nɔviŋutsu, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu, viŋutsu alo ame sia ame si nye eƒe ƒometɔ tututu la ate ŋu axɔe. Eya ŋutɔ hã ate ŋu axɔ eɖokui ne ate ŋu akpɔ ga home la. Fe si wòaxe ɖe eƒe ablɔɖe ta la, aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe la naɖo la ŋu. Esɔ kple fe si woaxe na agbatedɔwɔlawo le ƒe mawo me. Ne ƒe geɖewo ava yi hafi Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema amea axe ga si wòxɔ esime wòdzra eɖokui la ƒe akpa gãtɔ. Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko. Ne edzra eɖokui na amedzro aɖe la, ele be amedzro la nalé be nɛ abe agbatedɔwɔla ene, ke mawɔ eŋu dɔ abe kluvi alo nu si nye etɔ la ene o. “ ‘Ne womete ŋu xɔe hafi Aseyetsoƒe la ɖo o la, ekema woana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo le Aseyetsoƒe la me. Elabena nye amewoe nye Israelviwo. Nyee ɖe wo tso Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“ ‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la, mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo. Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me, elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ. Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu. Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi. Makpɔ mia dzi, mana miadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu si mebla kpli mi la dzi. Miaƒe nukuwo asɔ gbɔ na mi wu ale si miehiã ale gbegbe be miaganya nu si miawɔ kple esi atsi anyi o, eye mianya ɣeyiɣi si nuŋeɣi agaɖo o! Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o. Mazɔ le mia dome, manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye amewo, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’ ” “Ke ne miaɖo tom alo awɔ nye seawo dzi o, ke boŋ miagbe nye ɖoɖowo la, ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo. “Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã! “Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene. Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o. “Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi. “Eye ne nu siawo gɔ̃ hã mana miatrɔ dzi me o, ke boŋ miagayi tsitretsitsi ɖe nye didiwo ŋu dzi la, ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Mabia hlɔ̃ mi le ale si miegbe nye nubabla dzi wɔwɔ ta, to aʋawɔwɔ hehe va mia dzi me. Miasi ayi miaƒe duwo me, eye maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome le afi ma. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi. Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko. “Ne miagagbe toɖoɖom kple nye sewo dzi wɔwɔ kokoko la, ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta. Miaɖu miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, makaka vɔsamlekpui siwo le towo dzi, afi si miedea ta agu na legbawo le. Magbã miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, miaƒe ame kukuwo aƒaƒã ɖe miaƒe legbawo dome, eye mianyɔ ŋu nam. Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o. Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta. “Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã. Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe. Le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la, anyigba la akpɔ dzudzɔ si mekpɔ le dzudzɔgbe siwo mienɔ edzi la kpɔ o. “Mana woaɖe aboyo ame siwo aganɔ agbe la ayi didiƒenyigbawo dzi abe aʋaléleawo kple kluviwo ene. Woanɔ afi ma kple dzodzo nyanyanya ɣe sia ɣi. Ne ya ƒo aŋugba la, eƒe gbeɖiɖi ana woasi abe ame aɖee le wo nyam kple yi ene. Woadze anyi le esime ame aɖeke mele wo nyam o. Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene. Miatsrɔ̃ le dukɔwo dome, eye miaƒe futɔwo awu mi. Ame siwo atsi agbe la atsi asi le futɔwo ƒe anyigba dzi le woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ siwo wo fofowo wɔ la ta. “Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si na meɖo wo ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi me la, ekema ne woƒe dzi kuatriwo bɔbɔ wo ɖokui, eye woxe fe ɖe woƒe nu vɔ̃ ta la, magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi, elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta. Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!” Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo Yehowa na Israelviwo to Mose dzi le Sinai to la dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la, ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo. Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu. Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la. “ ‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa. Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe. Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla, ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ. Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ. Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo. Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã. Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu. Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ. “ ‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o. Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la, ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa. Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ. Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi. “ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo. Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe. Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa. “ ‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui. “ ‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe. Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o. Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ” Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe. “Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo. “Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me. “Zion mɔwo le konyi fam elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe eƒe azãwo ɖuƒe o. Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me. “Eƒe futɔwo zu edziɖulawo eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi. Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta. Viawo yi ɖe aboyo me, eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ. “Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o, eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene. “Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta. “Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo. “Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.” Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la. Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe, wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe. “O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.” “Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea? “Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã. “Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene, etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me. Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa. Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o. “Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo. “Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.” Zion ke eƒe abɔwo me gake ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo eye Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome. “Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me. “Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe. “O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa! Nye ameti blibo la metɔtɔ eye nye dzi hã le fu ɖem nam elabena medze aglã vevie. Yi le nu gblẽm le gota; eye le eme la, ku koe li. “Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene. “Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me; wɔ na wo abe ale si nèwɔm le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene. Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ eye nu te nye dzi ŋuti.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi! Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le eƒe dzikudogbe o. Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me. Etsɔ dziku helĩhelĩ helã Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa. Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la, eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa. Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia nu sia nu si ƒo xlãe la ene. Ehe eƒe da me abe futɔ ene eye eƒe nuɖusibɔ le klalo. Ewu ame siwo katã nyo na eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene. Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene. Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel. Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi. Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene hegblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo kple Dzudzɔgbewo be eye le eƒe dziku helĩhelĩ me wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa. Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ. Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me abe le ŋkekenyuiɖugbe ene. Yehowa ɖoe kplikpaa be yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu. Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu eye mehe eƒe asi ɖe megbe o, ke boŋ egbãe gudugudu. Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu eye wo kple eve la siaa mu dze anyi. Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba eye wòŋe eƒe gametiwo kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo. Woɖe aboyo eƒe fia kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome, se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o. Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me. Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame eye wota akpanya. Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to. Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu, nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye, nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba, elabena wotsrɔ̃ nye amewo, eye nu ti kɔ na ɖeviwo kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo. Wobia wo dadawo be, “Afi ka abolo kple wain le?” Elabena nu te wo ŋu le dua ƒe kpɔdomewo abe ame siwo ŋu wode abi ene eye woƒe agbe nu tso le wo dadawo ƒe akɔnu. Nya ka magblɔ na wò? O Yerusalem vinyɔnu, nu ka matsɔ asɔ kpli wò? Nu ka magblɔ be ele abe wò ene, ne mafa akɔ na wò, O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o? Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene, ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò? Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo nye alakpa kple yakanyawo, womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò, be womagaɖo wò ɖe aboyo me o. Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso eye wòkplɔ mi trae. Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la si akpe ɖe ŋuwò, woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò Yerusalem vinyɔnu ŋu be, “Du siae woyɔna be tugbefia kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?” Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.” Yehowa wɔ nu si wòɖo, ena eƒe nya si wògblɔ ɖi gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme. Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe, ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo. Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la. O Zion vinyɔnu ƒe gli, na be wò aɖatsiwo nasi abe tɔsisi ene zã kple keli, mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o. Fɔ, fa avi le zã me, dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo, trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene. Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi nɛ le viwòwo ƒe agbe ta, ame siwo dɔwuame na wole kukum le kpɔdomewo. “O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu. Ame ka nèwɔ alea kpɔ? Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi, vi siwo dzi wokpɔa? Ɖe wòle be woawu nunɔla kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea? “Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo, nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu. Ewu wo le wò dzikudogbe, etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. “Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te. Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o; Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii le ŋkeke blibo la me. Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo eye wògbã ƒu ɖe lãme nam. Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye. Ena menɔ viviti me abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene. Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o, eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ. Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu. Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam eye wòglɔ̃ nye mɔwo. Abe sisiblisi si de xa ɖi kple dzata si le adeklo dzi ene la, ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum, hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe. Evu eƒe da me eye wòdzidze eƒe dati ɖe dzinye. Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi. Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome, woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã. Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam eye wòkpe veve nam meno. Etsɔ kpe ŋe aɖu nam eye wòfanyam ɖe kewɔ me. Woxɔ ŋutifafa le asinye, meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be. Eya ta megblɔ be, “Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.” Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, dzigbagbã kple vevesese dzi. Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye. Ke esia dzi meɖo ŋkue eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye: Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o. Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ. Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.” Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi, kple ame siwo dinɛ vevie. Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me na Yehowa ƒe ɖeɖe. Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime. Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi. Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me, ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali. Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge eye ŋukpe neyɔe fũu. Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la, egakpɔa nublanui na ame, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ. Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o. Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ. Ne woagbe nu si nye ame tɔ la tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume, eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya; ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa? Ame ka aƒo nu eye wòava eme, ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o? Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa? Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta? Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míado míaƒe dziwo kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena: “Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o. “Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o. Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome. “Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti. Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ va mía dzi.” Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo elabena wotsrɔ̃ nye amewo. Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa, enu gbe tsotso, va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe. Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta. Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la ɖem ɖe nu abe xevi ene. Wodze agbagba be woatso nye agbe nu le vudo me eye wofɔ kpe ƒum. Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam. O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke. Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.” Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be, “Mègavɔ̃ o.” O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ eye nèɖe nye agbe. Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa, vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye. Na nye nya nadzɔ! Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye. O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la. Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa! Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o, woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me. O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo, ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta. Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi! Ti wo yome kple dziku eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi. Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene! Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo abe tsatsaboli le dzogbe ene. Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo; ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe gake ame aɖeke meli ana wo o. Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia. Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ, du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene. Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii, eye woƒu abe nake ene. Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo ku ɖe dɔwuame ta. Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ, heɖiku glãŋui, le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta. Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa, eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m. Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo. Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka, amewo nayi exɔ ge ase be, futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me o. Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃ kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta, ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me. Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo abe ŋkuagbãtɔwo ene. Woƒo ʋu ale gbegbe be, ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o. Amewo doa ɣli ɖe wo ta be, “Midzo le afi sia! Mi ame makɔmakɔwo! Mite yi! Mite yi! Migaka asi mía ŋuti o!” Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la, amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be, “Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.” Yehowa ŋutɔe kaka wo, megale wo ta kpɔm o. Womegadea bubu nunɔlawo ŋu alo vea dumegãwo nu o. Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o; tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me, míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu aɖe mí o la be wòava. Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo. Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe. Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome. O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò. O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa. Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo. Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo. Ɖe míedzea tsi hafi nona eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake. Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o. Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu. Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o gake woƒe tohehe va mía dzi. Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o. Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna, le yi si le gbegbe la ta. Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta. Wogblẽ Zion nyɔnuwo kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me. Wobla dumegãwo tsɔ ku ati eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o. Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te. Ame tsitsiwo vɔ le agbonu eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso. Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa. Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃! Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam, le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma. O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee, wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime. Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea? O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu be míate ŋu atrɔ agbɔ, wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene. Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ, eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be, “Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.” Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ. Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo. Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, “Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!” Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi. Ale wo katã wobia gbee zi ɖeka be, “Nu ka nèwɔ, be nèhe ahom sia va mía dzi? Dɔ ka nèwɔna? Dukɔ ka me nètso? Gbe ka gblɔlae nènye?” Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.” Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ. Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?” Yona gblɔ na wo be, “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.” Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã. Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.” Ale wolé Yona, kɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, eye ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi enumake. Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ. Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be, “Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo! Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke; meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye, eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye. Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’ Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm, eye ƒumegbewo bliba ta nam. Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me! “Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me. “Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ! Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.” Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be, “Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.” Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme. Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!” Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya. Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me. Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: “Amegbetɔ alo lã, nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o. Amegbetɔwo kple lãwo siaa ata akpanya, woafa avi vevie na Mawu, woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye woaɖe asi le vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti. Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.” Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ke esi Mawu tsɔ Ninivetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, Yona do dɔmedzoe vevie. Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu vɔ̃wo kena. Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.” Yehowa trɔ biae be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe ɖe nu sia ta?” Ale Yona yi ɖanɔ anyi ɖe dua ƒe ɣedzeƒe lɔƒo nublanuitɔe, eye wòtsɔ aŋgbawo wɔ agbadɔe henɔ ete nɔ lalam be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi la ɖa. Yehowa, Mawu na yevukutsati mie heɖo vɔvɔli ɖe Yona tame be wòatsi ŋudɔɖuame la nu. Yona kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le yevukutsati la ŋuti. Ke le fɔŋli la, Mawu na ŋɔ aɖe ɖu yevukutsati la, eye wòyrɔ. Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.” Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!” Yehowa gblɔ nɛ be, “Esi ati si dzi mèkpɔ wòtsi o, eya ŋutɔe mie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe ku le vewòm ale ɖe, ekema nu ka ta nyemakpɔ nublanui na du gã xɔŋkɔ abe Ninive ene, du si me ame akpe alafa ɖeka kple blaeve siwo menya woƒe ɖusi tso woƒe mia gbɔ o la le kpe ɖe woƒe lã gbogboawo ŋu o ɖo?”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nye, Paulo, kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔe agbalẽ sia tso, Na dzikpɔlawo kple kpeɖeŋutɔwo kpakple Mawu ƒe ame kɔkɔe siwo katã le Filipi. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi. Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me, le kpekpeɖeŋu gã siwo katã mienam le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia la ta. Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi. Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo. Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene. Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me. Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava. Mitse dzɔdzɔenyenye ƒe ku si tso Yesu Kristo me la. Esiawoe ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Mawu. Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ. Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o. Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui. Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti. Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, ke boŋ be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye gaxɔmenɔnɔ ŋu. Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbeƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la, eye esia ta mekpɔa dzidzɔ ɖo. Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me. Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu. Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku gaɖe vi wu. Ke nenye be agbenɔnɔ le ŋutilã me ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o. Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia! Gake nyateƒe lae nye be mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe mi ne mele ŋutilã me. Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ. Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi, eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta, ne megava mia gbɔ. Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mianɔ agbe ɖe Kristo ƒe nyanyui la ŋu, ale be ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka le gbɔgbɔ me kple susu ɖeka sia be miaʋli nyanyui ƒe xɔse la ta dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi. Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã. Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka wɔ dɔe aduadu. Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me. Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me. Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la, mebui be yesɔ kple Mawu o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do, eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me. Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke! Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake, eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ. Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame, adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te, eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ, hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe. Esia ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu dɔ le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ dɔ vlo o. Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be nyemewɔ dɔ si meɖe vi aɖeke o. Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi. Eya ta miawo hã, mikpɔ dzidzɔ kplim. Mele mɔ kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye. Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa dɔ kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me. Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ vɔ. Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie. Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la. Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam. Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o. Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ. Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedinɔnɔ. Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o, evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui, elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye. Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye. Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko. Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi, eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu. Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme. Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me la dometɔ ɖeka. Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ. Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome. Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi. Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu. Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo. Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu. Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava, ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me. Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã. Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!” Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me. Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu. Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi. Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o. Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye. Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me. Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me. Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me. Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko. Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe. Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi. Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu. Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me. Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. Medo gbe na ame kɔkɔewo le Yesu Kristo me. Nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi. Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu. Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la, Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm, eye nu siwo le dzo la me la le abe nu gbagbewo ene. Woƒe dzedzeme le abe amegbetɔ tɔ ene, ke mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si. Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene. Amegbetɔ ƒe asi nɔ woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi. Wo ame eneawo katã to mowo kple aʋalawo, eye woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋuti. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; wometrɔa kɔ ne wole yiyim o. Woƒe mowo dzena ale: amegbetɔ ƒe mo li na wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; dzata ƒe mo le ɖusime, nyitsu ƒe mo le miame, eye hɔ̃ ƒe mo li na ɖe sia ɖe. Nenemae woƒe mowo le. Woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve tɔ wo nɔviwo tɔwo le akpa eveawo dzi, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe. Woyia afi sia afi si gbɔgbɔ la yina la, eye wometrɔna yia teƒe bubu aɖeke o. Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme. Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene. Esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖam ƒe afɔ ɖeka le anyigba le nu gbagbe ene siwo si mo le la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ. Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene. Ne woɖe zɔ la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka si nu gbagbeawo trɔ mo ɖo. Ne nu gbagbeawo le yiyim la, tasiaɖam la ƒe afɔawo metrɔna le wo ŋu o. Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo. Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, tasiaɖam ƒe afɔ siwo le wo xa la hã ɖea zɔ, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi. Afi sia afi si gbɔgbɔ la ayi la, woawo hã yina, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi yina, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le afɔawo hã me. Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me. Nane si ɖi tsikpe, keke, le keklẽm, eye wòdzi ŋɔ la, keke ɖe nu gbagbeawo tame. Nu gbagbeawo keke aʋala ɖekaɖeka do ɖe wo nɔewo gbɔ, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve na eɖokui. Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo. Gbe aɖe ɖi tso nu si xe tame na wo la tame esi wotɔ heɖiɖi woƒe aʋalawo. Nane si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi ene la le nu si xe woƒe tame la tame, eye nane si ɖi ame la nɔ fiazikpui la dzi le yame ʋĩi. Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe. Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Egblɔ nam be, “Ame vi, tso, nànɔ tsitre, eye maƒo nu na wò.” Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam. Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi. Ame siwo gbɔ mele ɖowòm ɖo la nye kɔlialiatɔwo kple tosesẽtɔwo. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ la nye esi. Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome. Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye. Ke wò la, ame vi, lé to ɖe nya si gblɔm mele na wò la ŋu. Mègadze aglã abe ame dzeaglã mawo ene o; ke nu me, eye nàɖu nu si matsɔ na wò.’ ” Mekpɔ nu, eye mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye. Agbalẽ aɖe le asi la me. Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.” Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene. Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, yi Israel ƒe aƒe la me, eye nàgblɔ nye nya na wo. Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me, menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò. Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo. Ke mawɔ wò màna ta o, wò ŋkume asẽ, eye màna ta o abe woawo ke ene. Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.” Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me. Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.” Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa. Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye Meva ɖo aboyome siwo nɔ Tel Aviv, afi si te ɖe Kebar Tɔsisi la ŋu la gbɔ. Le afi ma, afi si wonɔ la, menɔ anyi ɖe wo dome ŋkeke adre, eye gbɔgblɔ bu ɖem. Le ŋkeke adreawo ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me. Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò. “Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me. Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nu vɔ̃ o, eye mewɔ nu vɔ̃ o la, ekema anɔ agbe, elabena ese nuxɔxlɔ̃ eye àɖe ɖokuiwò.” Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.” Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi. Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me. Ame vi, woabla wò kple ka, woabla wò ale be màte ŋu ado, age ɖe ameawo dome o. Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã. Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Azɔ la, ame vi, tsɔ anyikpe aɖe, dae ɖe wò ŋkume, eye nàta Yerusalem du la ɖe edzi. Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe. Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la. “Ekema nàmlɔ wò miamekpa dzi, eye nàtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe ɖokuiwò dzi. Ele na wò be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ŋkeke ale si nàmlɔ wò miamekpa dzi. Metsɔ ŋkekewo ƒe xexlẽme ma ke na wò abe woƒe nu vɔ̃wo ƒe ƒewo ƒe xexlẽme ene. Ale hena ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) la, àtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. “Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu. Trɔ wò mo ɖo ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem gbɔ. Mègatsɔ naneke tsyɔ abɔ o, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu. Mabla wò kple ka ale be màte ŋu atrɔ tso axa ɖeka dzi ayi evelia dzi o va se ɖe esime nàwu wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo nu. “Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) siwo me nàmlɔ axadzi. Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ (250) na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, dzidze tsi hin ƒe mama adelia ƒe ɖeka, eye nànoe le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi. Ɖu nu la abe lubolo ene. Mee le ameawo ƒe ŋkume le dzo si wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi la dzi.” Yehowa gblɔ be, “Ale Israelviwo aɖu nu makɔmakɔ le dukɔwo dome, afi si manya wo aɖo ɖo.” Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.” Egblɔ nam be, “Enyo ŋutɔ; mana nàme wò abolo le dzo si wodo kple nyi ƒe afɔdzi la dzi ɖe esi wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi teƒe.” Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me, elabena nuɖuɖu kple tsi magabɔ o. Ne wokpɔ wo nɔewo la, woƒe nu aku, eye woatsrɔ̃ le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi. Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu. Ke ɖe ɖa sue aɖe dzra ɖo ɖe wò awu ƒe biɖedziwo me, eye nàgatsɔ ɖa sue aɖe ade dzo me. Dzo abi tso afi ma age ɖe Israel ƒe aƒe blibo la me. “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esiae nye Yerusalem si metsɔ da ɖe dukɔwo dome, eye anyigba geɖewo ƒo xlãe. Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’ “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’ “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Nye ŋutɔ medo dɔmedzoe ɖe wò, Yerusalem ŋu, eye mahe to na wò le dukɔwo ŋkume. Le miaƒe legba nyɔŋuwo katã ta la, mawɔ nu si nyemewɔ kpɔ o la mi, esi nyemagawɔ gbeɖe o. Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o. Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’ “Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi. “Miazu gbegbe, alɔmeɖenu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome, le emetsolawo katã ƒe ŋkume. Miazu alɔmeɖenu, vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzi na dukɔ siwo ƒo xlã mi ne mehe to na mi le nye dɔmedzoe kple dziku me. Nye Yehowae gblɔe. Ne metsɔ nye dɔwuame ƒe aŋutrɔ siwo hea ku vɛ, eye wogblẽa nu da mi la, mada wo be woatsrɔ̃ mi. Mana dɔwuame nagasẽ ɖe edzi wu tsã le mia dome, eye maxe mɔ na nuɖuɖu ƒe mia gbɔ ɖoɖo. Mana dɔwuame kple lã wɔadãwo nava mia dzi, eye woana viwo maganɔ mia si o. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ava mia dzi, eye matsɔ yi ɖe mia ŋu. Nye Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va gbɔnye be, “Ame vi, trɔ mo de Israel ƒe towo; gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo. Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye mawu miaƒe amewo le miaƒe legbawo ŋgɔ. Matsɔ Israelvi kukuwo amlɔ woƒe legbawo ŋgɔ, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo. Afi sia afi si mianɔ la, miaƒe duwo azu aƒedo, eye woagbã miaƒe nuxeƒewo, woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, woagbã miaƒe vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye woatsrɔ̃ nu siwo miewɔ. Woawu miaƒe amewo le mia dome, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ” “Ke maɖe ame aɖewo ya, elabena mia dometɔ aɖewo asi le yinu ne wokaka mi ɖe anyigba dzi kple dukɔwo dome. Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta. Woanya be nyee nye Yehowa; nyemedo ŋɔdzi na wo dzodzro be mahe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzii o.” “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo. Ame si le adzɔge ʋĩi la, dɔvɔ̃ awui, ame si le kpuiƒe la, yi awui, eye ame si atsi agbe la, aku le dɔwuame ta. Alea mawɔ nye dziku ŋu dɔ ɖe wo ŋutie. Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le. Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba: “ ‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi! Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta. Nyemakpɔ nublanui na mi loo alo ana miakpɔ ɖeɖe o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko. “ ‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’ “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “ ‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la! Kpɔ ɖa, eva ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Efɔ eɖokui ɖe ŋutiwò. Kpɔ ɖa, eva ɖo! Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi mi anyigbadzinɔlawo dzi. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o. Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi, eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta. Nyemakpɔ nublanui na mi alo aɖe mi o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu kple ɖe miaƒe ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta. “ ‘Ekema mianya be nye, Yehowae tu nu kpli mi. “ ‘Kpɔ ɖa, ŋkeke la! Kpɔ ɖa, eva ɖo! Dzɔgbevɔ̃e do, ameƒoti do lotoo, eye dada ƒo se. Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o. Ɣeyiɣi de, ŋkeke la va ɖo. Nudzrala megatso aseye, eye nuƒlela megafa konyi o, elabena dɔmedzoe dze ɖe ameha la katã dzi. Anyigbadzrala magbugbɔ eƒe anyigba si wòdzra la axɔ zi ale si wo ame eve la le agbe o, elabena womatrɔ ŋutega si wokpɔ tso ameha blibo la ŋu o. Le woƒe nu vɔ̃wo ta la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi agbe o. “ ‘Togbɔ be woaku kpẽ, eye woawɔ nu sia nu wòasɔ gbe gɔ̃ hã la, ame aɖeke mayi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe bi ɖe ameha la kã. Yi le gota, eye dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me. Yi awu ame siwo le gbedzi, eye ame siwo le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo. Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta. Alɔ ɖe sia ɖe ado agblɔ, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene. Woatsyɔ konyifavɔ, eye woado ŋɔdzi abe awu ene, ŋukpe anɔ mo na wo, eye woalũ ta na wo. “ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me. Wodana ɖe woƒe lekewɔnu dzeaniwo dzi, eye wotsɔ wo wɔ woƒe legba nyɔŋuwo kple aklamakpakpɛ vlowo. Eya ta matrɔ nu siawo woazu nu makɔmakɔwo na wo. Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi, eye woagblẽ kɔ ɖo na wo. Matrɔ mo ɖe adzɔge tso wo gbɔ, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe vevi la. Adzodalawo age ɖe eme, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ. “ ‘Miwɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖi, elabena ʋukɔkɔɖi bɔ ɖe anyigba la dzi, eye ŋutasesẽ yɔ dua me. Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo. Ne ŋɔdzi do la, woadi ŋutifafa, gake manɔ anyi o. Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome. Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ, nunɔlawo ƒe sewo fiafia kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o. Fia la afa konyi, dzi aɖe le fiavi la ƒo, eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya. Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu. “ ‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma. Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene. Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le. Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le nye ŋkume le afi ma abe ale si wònɔ le ŋutega si mekpɔ le bali la me ene. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.” Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ do aɖe le gli la me. Egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, ku do ɖe gli la me.” Ale meku do ɖe gli la me, eye mekpɔ mɔnu aɖe le afi ma. Eye wògblɔ nam be, “Yi ɖe eme, eye nàkpɔ nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wole wɔwɔm le afi ma” Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo. Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem. Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ” Eye wògagblɔ nam be, “Àkpɔ wo woaganɔ nu siwo nyɔ ŋu wu esiawo gɔ̃ hã la wɔm.” Emegbe la, ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo si le anyiehe la gbɔ, eye mekpɔ nyɔnuwo wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ fafam na Tamuz. Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Èle nu siwo nyɔ ŋu wu esia gɔ̃ hã kpɔ ge.” Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe. Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa! Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tete mesee wòdo ɣli sesĩe gblɔ be, “Mikplɔ dua ŋu dzɔlawo va afii, ɖe sia ɖe natsɔ aʋawɔnu ɖe asi” Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa. Azɔ la, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, afi si wònɔ tsã, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Tete Yehowa yɔ ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, ame si ƒe aklito agbalẽŋlɔnuwo le la, eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.” Esi menɔ to ɖom la, egblɔ na ame bubuawo be, “Midze eyome to du la me, eye miawu amewo. Migakpɔ nublanui na ame aɖeke loo, alo miaƒe dɔ me natrɔ ɖe ame aɖeke ŋu o. Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi. Eye wògblɔ na wo be, “Migblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eye miana ame kukuawo nayɔ eƒe xɔxɔnu. Miyi!” Ale woyi, eye wode asi ameawo wuwu me le du la katã me. Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?” Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’ Eya ta nyemakpɔ nublanui na wo alo atsɔe ake wo o, ke boŋ mana nu si wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.” Tete ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye agbalẽŋlɔnuwo le eƒe axame la gblɔ be, “Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame. Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme. Azɔ la, kerubiawo nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo esi ame la ge ɖe eme, eye lilikpo yɔ xɔxɔnu emetɔ fũu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Lilikpo la yɔ gbedoxɔ la fũu, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la. Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene. Yehowa ɖe gbe na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Ɖe dzo tso tasiaɖamfɔtiawo dome, le kerubiawo dome.” Ŋutsu la yi ɖatsi tsitre ɖe tasiaɖamfɔtiawo dometɔ ɖeka gbɔ. Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go. Woate ŋu akpɔ nane si ɖi amegbetɔ ƒe asi la le kerubiawo ƒe aʋala te. Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene. Wo ame eneawo katã woɖi wo nɔewo; wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ abe tasiaɖamfɔti ɖeka ko wonye ge ɖe nɔvia me ene. Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o. Ŋkuwo nɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa, woƒe dzime, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo ŋu abe ale si wonɔ tasiaɖamfɔti eneawo hã ŋu ene. Mese wonɔ tasiaɖamfɔtiawo yɔm be “yalifɔtiwo.” Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ. Kerubiawo kɔ wo ɖokui dzi. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to. Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o. Ne kerubiawo tɔ la, woawo hã wotɔna, eye ne kerubiawo dzo la, woawo hã wodzona kpli wo, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le gbedoxɔ la ƒe kpui la tame, eye wòtɔ ɖe kerubiawo tame. Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye. Mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si, eye nu si ɖi ame ƒe asiwo la nɔ woƒe aʋalawo te. Woƒe mowo nɔ abe esiwo mekpɔ le Kebar tɔsisi la to ene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yi ŋgɔ tẽe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome. Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua me. Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la. Eya ta migblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu; ame vi, gblɔ nya ɖi.” Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me. Miewu ame geɖewo le du sia me, eye miaƒe ablɔwo dzi yɔ fũu kple ame kukuwo. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame kuku siwo mietsɔ ƒu gbe ɖe afi ma lae nye lã la, eye du siae nye nuɖaze la, gake manya mi do goe le dua me. Mievɔ̃a yi, eye yie nye nu si matsɔ ɖe mia ŋu.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Manya mi do goe le dua me, ahatsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye mahe to na mi. Miatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. Du sia manye nuɖaze na mi o alo mianye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi, eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.” Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nɔviwò siwo nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu le aboyome kpli wò kple Israel ƒe aƒe blibo la ŋue Yerusalemtɔwo gblɔ le be, ‘Wole adzɔge ke tso Yehowa gbɔ; wotsɔ anyigba sia na mí be wòanye míatɔ.’ ” “Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’ “Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’ “Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa. Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo. Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu. Ke ame siwo ƒe dzi ku ɖe woƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo kple legba nyɔŋuwo ŋu la, mana nu siwo wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Tete kerubiawo keke woƒe aʋalawo esime tasiaɖamfɔtiawo nɔ wo xa, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yi dzi tso dua me, eye wòtɔ ɖe to si le dua ƒe ɣedzeƒe la tame. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me. Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye, eye megblɔ nu siwo katã Yehowa ɖe fiam la na aboyomeawo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo. “Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene. Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me. Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.” Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume. Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã. “Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: gbedeasi sia ku ɖe fiavi si le Yerusalem kple Israel ƒe aƒe blibo la me tɔ siwo le afi ma la ŋu.’ Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’ “Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee. “Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o. Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma. Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi. “Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi. Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom. Gblɔ na anyigba la dzi tɔwo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso ame siwo le Yerusalem dua me kple Israel ƒe anyigba dzi la ŋu. Woaɖu woƒe nu le dzimaɖeɖi me, eye woano woƒe tsi le dziɖeleameƒo me, elabena woaɖe nu siwo katã le anyigba la dzi ɖa le ame siwo katã le afi ma la ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta. Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’ Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo. Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o. Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’ “Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o! O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene. Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o. Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme. Ɖe miekpɔa aʋatsoŋutegawo, eye miekaa alakpanu esi miegblɔ be, “Yehowae gblɔe” evɔ nyemegblɔ nenema oa? “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ” “Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la, eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu. Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu. Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa. Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o. Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’ “Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu, nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa? Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’ “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene. Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la, miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã? Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu. Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’ “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’ “ ‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ. Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’ “ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel. Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo. Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo, nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la, Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe. “Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe. “Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye. “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa! Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta. Woafa akɔ na mi ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, elabena mianya be nyemewɔ naneke dzodzro o.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, aleke wainka nyo wu avemeti ƒe alɔe? Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua? Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale eŋua? Ne womete ŋu wɔ eŋu dɔ na naneke esime wònɔ blibo o la, aleke woate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ awɔ nane si ŋu ŋudɔwɔnu le esime dzo bii, eye wòzu aka? “Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si metsɔ wainti de avemetiwo dome abe nake ene la, nenema kee mawɔ ame siwo le Yerusalem. Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa. Mana anyigba la nazu gbegbe, elabena wogbugbɔ le yonyeme.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae. Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ. Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo si dze ɖe ŋuwò alo xatsa avɔ ɖe ŋutiwò o. Ame aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ale be woawɔ nu siawo na wò o; ke boŋ wotsɔ wò ƒu gbe ɖe gbedadaƒo, elabena gbe si gbe wodzi wò la, wodo vlo wò.’ “Esi metso eme va yina la, mekpɔ wò nènɔ afɔ dam le wò ʋu me. Esi nènɔ wò ʋu me la, megblɔ na wò be, ‘Tsi agbe.’ Mena nètsi abe ati si le gbedzi ene. Ètsi eye nètrɔ zu kpe xɔasi dzeanitɔ abe ɖetugbi vavã aɖe ene. Ète no, ɖa to mlɔmlɔmlɔ ɖe wò ame si nɔ ƒuƒlu la ŋu. “Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Mele tsi na wò, klɔ ʋu ɖa le ŋuwò, eye mesi ami na wò. Meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye medo afɔkpa na wò. Medo aklalawu nyuitɔ kple awu xɔasitɔ na wò. Metsɔ kpe xɔasinuwo ɖo atsyɔ̃ na wò. Medo abɔgɛ ɖe abɔ na wò, eye medo kɔga ɖe kɔ na wò; medo ŋɔtigɛ ɖe ŋɔti na wò, medo togɛwo ɖe to na wò, eye meɖɔ fiakuku dzeani aɖe na wò. Ale wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃e na wò. Wò avɔwo nye aklala biɖibiɖi, seda kple avɔ ŋɔŋɔe. Wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple amitime. Èva dze tugbe ŋutɔ, eye nèyi dzi va zu fianyɔnu. Wò ŋkɔ de dzi kaka ɖe dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena atsyɔ̃ si meɖo na wò la na wò tugbedzedze de blibo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Ke èɖo ŋu ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye nèwɔ wò ŋkɔxɔxɔ ŋu dɔ hezu gbolo. Ènyoa dɔ me na ame sia ame si tsoa eme va yina, eye wò tugbedzedze zua etɔ. Ètsɔ wò avɔ aɖewo wɔ nuxeƒewo, eye nèwɔa gbolo le afi ma. Nu siawo madzɔ, eye womava eme hafi o. Ètsɔ nu dzeani siwo mena wò, nu siwo wotsɔ nye sika kple klosalo wɔe la wɔ ŋutsulegbawo na ɖokuiwò, eye nèwɔ gbolo kpli wo. Ètsɔ wò avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖo woƒe ŋkume. Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuɖuɖu siwo mena wò, siwo nye wɔ memee, ami kple notsi abe wò nuɖuɖu ene la, ètsɔ wo ɖo woƒe ŋkume abe vɔsa ʋeʋĩ lilili ene. Esiae va eme. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa? Èwu vinyewo, eye nètsɔ wo sa vɔe na legbawo. Le wò ŋunyɔnuwo katã kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime nènɔ amama kple ƒuƒlu, eye nènɔ afɔ dam le wò ʋu me la dzi o. “Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la, ètu trɔ̃xɔ gãwo ɖe ablɔ gãwo me na ɖokuiwò kple nuxeƒe ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe. Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me. Èwɔ gbolo kple Egiptetɔwo, wò aƒelika gbegblẽwo, eye nèdo dɔmedzoe nam kple wò gbolowɔwɔ si le edzi yim wu tsã. Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na. Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o. Ale nèyi gbolowɔwɔ dzi wu, eye wòlɔ asitsalawo ƒe anyigba, Babilonia ɖe eme. Ke esia gɔ̃ hã meɖi kɔ na wò o.” Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene! Esi nètu wo trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe nu, eye nèɖo wò nuxeƒe kɔkɔwo ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe la, mèɖi gbolo aɖeke o, elabena èdo vlo gbologaxɔxɔ. “Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò! Gbolo ɖe sia ɖe xɔa ga, gake wò ya ènaa nu ŋutsu siwo nèwɔa gbolo kplii la katã, ènaa zãnu wo ale be woatso afi sia afi ava wɔ ahasi kpli wò. Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o. “Eya ta wò gbolo, se Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Esi nètsɔ wò kesinɔnuwo na la, èna ŋutsuwo kpɔ wò amame le wò gbolowɔwɔ me, eye le wò ŋukpenalegbawo katã ta kple esi nètsɔ viwòwo ƒe ʋu na wo ta la, mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la. Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò. Ekema matsɔ wò ade asi na wò ahiãviawo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo kple nuxeƒe kɔkɔwo. Woaɖe wò awuwo le ŋuwò, woaxɔ wò sikanu dzeaniwo, eye woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu. Woana ame aɖewo natso ɖe ŋuwò. Ame siawo aƒu kpe wò, eye woafli wò kple woƒe yiwo. Woatɔ dzo wò aƒewo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye màgaxe fe na wò ahiãviwo o. Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’ “Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa? “Ame sia ame si doa lo la, ado lo sia tso ŋuwò, ‘Ale si vinɔ le la, nenemae via nyɔnu hã nɔna.’ Vavã ènye dawò, ame si do vlo srɔ̃a kple viawo la ƒe vinyɔnu, eye vavã, ènye nɔvinyɔnu na nɔviwò nyɔnuwo, ame siwo do vlo wo srɔ̃ŋutsuwo kple wo viwo. Dawò nye Hititɔ, eye fofowò nye Amoritɔ. Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom. Mienɔ agbe abe woawo ene ɖeɖe ko o, eye miewɔ woƒe ŋukpenanuwo hã ko o, ke boŋ le miaƒe wɔnawo katã me la, èwɔ nu vlowo wu woawo gɔ̃ hã. Aƒetɔ Yehowae gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnu Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ nu si wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ o.’ “Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o. Ale wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wowɔ ŋukpenanuwo le nye ŋkume. Eya ta meɖe wo ɖa abe ale si miekpɔe ene. Samaria mewɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ la ƒe afã o. Èwɔ ŋukpenanuwo wu woawo, eye miena mia nɔvinyɔnuwo dze ame dzɔdzɔewo to nu siwo katã nèwɔ la me. Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò. “ ‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu, ale be nàtsɔ wo vlodoame, eye ŋu nakpe wò le nu siwo katã nèwɔ hena akɔfafa na wo ta. Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ. Màyɔ nɔviwò nyɔnu Sodom ƒe ŋkɔ le wò dadaɣi, hafi woava klo nu le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu o. Azɔ la, èzu Edom ƒe vinyɔnuwo kple ame siwo ƒo xlã wo kple Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo ƒe vlodonu, ame siwo katã ƒo xlã wò, eye wodo vlo wò. Àde ta wò ŋukpenanuwɔnawo kple wò ŋunyɔnuwo ƒe yomedzenu te.’ ” Yehowae gblɔe. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Matu nu kple wò abe ale si dze wò ene, elabena èdo vlo nye atam to nye nubabla tutu me. Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò. Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o. Ale mabla nu kple wò, eye nànya be nyee nye Yehowa. Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la, eŋe eƒe ɖɔme hetsɔ yi asitsalawo ƒe anyigba dzi, eye wòdoe ɖe asitsalawo ƒe du gã aɖe me. “ ‘Etsɔ miaƒe anyigba ƒe ku aɖe, eye wòdoe ɖe anyigba nyui aɖe dzi. Edoe abe amuti ene ɖe afi si tsi sɔ gbɔ ɖo. Ati la dze, eye wòzu wainti kpehe aɖe si ƒe alɔwo vu. Eƒe alɔwo trɔ ɖo ɖe egbɔ, ke eƒe kewo ya nɔ ete. Ale wòzu wainti toalɔwo, eye aŋugbawo vu ɖe eŋu. “ ‘Ke hɔ̃ gã bubu aɖe li, si ŋu aʋala sesẽ nɔ, eye wòto fu kpoyo. Wainka la trɔ eƒe kewo ɖo ɖe egbɔ tso afi si wodoe ɖo, eye wòkeke eƒe aʋalawo hena tsii. Wodoe ɖe anyigba nyui aɖe si dzi tsi bɔ ɖo, ale be wòato alɔ, atse ku, eye wòazu wainti nyui aɖe.’ “Gblɔ na wo be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖe wòava eme nenema? Ɖe womahoe, eye woagbe eƒe kutsetsewo, ale be wòaku oa? Eƒe alɔ yeyewo katã aku. Menye abɔ sesẽ aɖe alo ame geɖewoe ahoe kple ke o. Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’ ” Eye Yehowa ƒe nya va nam be, “Gblɔ na ƒome dzeaglã la be, ‘Ɖe miese nu siawo gɔme oa?’ Gblɔ na wo be, ‘Babilonia fia yi Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple bubumewo yi Babilonia. Elé fiaƒomea me tɔ aɖe, wɔ nubabla kplii, eye wòka atam nɛ. Ekplɔ anyigba la ƒe ame ŋkutawo dzoe, ale be wòate fiaɖuƒe la ɖe to, magate ŋu afɔ o, eye wòatsi agbe ne ewɔ nubabla la dzi ko. Ke fia la dze aglã ɖe eŋu esi wòɖo eƒe amewo ɖe Egipte be woaxɔ sɔwo kple aʋakɔ gã aɖe vɛ. Adze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia tɔgbi la ate ŋu asia? Ɖe wòatu nubabla la, gake ate ŋu asia?’ “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, aku ɖe Babilonia, ɖe fia si ɖoe zi dzi la ƒe anyigba dzi, ame si ƒe atam wòdo vloe kple ame si ƒe nubabla wòtu. Farao kple eƒe aʋakɔ triakɔ la kple eƒe ameha gã mana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa me ne woƒo kpo ɖe eŋu, eye wotu xɔ tsralawo be woawu ame geɖewo o. Edo vlo atam la to nubabla la tutu me. Esi wòlɔ̃ ɖe nubabla la dzi hafi wɔ nu siawo katã ta la, mate ŋu asi o.’ “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Zi ale si mele agbe la, mana nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu la nava eƒe ta dzi. Makeke nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, eye mabu fɔe le afi ma, elabena meto nyateƒe nam o. Eƒe aʋawɔla siwo le sisim la katã atsi yi nu, eye eƒe agbetsilawo akaka ɖe yawo katã nu, ekema mianya be nye Yehowae gblɔe.’ “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Nye ŋutɔ maŋe sedati aɖe ƒe ɖɔme tso etame ke, eye madoe. Maŋe eƒe ɖɔme ado, eye madoe ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te. Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam. “Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be, “ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo, eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ” “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o. Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’ “Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi loo alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o. Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o. Metea ame aɖeke ɖe to o. Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wònaa nutata amamanɔla. Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o, alo baa ame o. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ame kple ehavi dome. Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe. Ame ma nye ame dzɔdzɔe, eye wòanɔ agbe godoo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu vɔ̃ bubu siawo dometɔ aɖe, togbɔ be fofoa ya mewɔa nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o hã. Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃. “Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to. Edaa adzo ame. Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o. Ekpɔa legbawo dzi ɖa. Ewɔa ŋukpenanuwo. Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame. Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. “Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu vɔ̃wo hã la, mewɔa nu vɔ̃ ma tɔgbiwo o. “Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o, alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o. Metea ame aɖeke ɖe to o, eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye wònaa nutata amamanɔlawo. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye mexɔa deme alo baa ame o. Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu. Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo. Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome. “Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ nɛ. “Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o. Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe. Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku. “Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa? Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku le eta. Le nu vɔ̃ si wòwɔ ta la, aku. Ke ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe. Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o. Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa? Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe? Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be, “ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo. Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna. Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme, wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi. “ ‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la, ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu, wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe. Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna. Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi, eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo. Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la kple ame siwo katã nɔ edzi Tete dukɔ siwo tso nuto ma me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me. Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me, eye wokɔe yi na Babilonia fia. Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o. “ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta. Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ. Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta, edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta. Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo. Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe, anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o. Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe adrelia ƒe ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbe bia ge Yehowa, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema tsɔ wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwɔnawo ɖo woƒe ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.” Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã. Megblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi mieda ŋku ɖo la ŋu, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple Egipte legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ Yehowa, miaƒe Mawu la.” “ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte. Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le. Eya ta mekplɔ wo dzoe le Egipte yi gbegbe la. Metsɔ nye ɖoɖowo na wo, eye mena wonya wo to nye seawo me, elabena ame si awɔ nye seawo dzi la, anɔ agbe. Kpe ɖe esia ŋu la, metsɔ nye Dzudzɔgbewo na wo abe dzesi si le mía dome ene, ale be woanya be, Yehowae wɔ wo wozu kɔkɔe. “ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la. Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le. Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o; elabena wogbe nye seawo, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe dzi ku ɖe woƒe legbawo ŋu. Ke mekpɔ nublanui na wo, eye nyemetsrɔ̃ wo le gbea dzi o. Megblɔ na wo viwo le gbea dzi be, “Migazɔ ɖe mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migawɔ woƒe sewo dzi o, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple woƒe legbawo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe nye seawo dzi. Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.” “ ‘Ke ɖeviawo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye womekpɔ egbɔ be yewoawɔ ɖe nye seawo dzi o, togbɔ be mena wonya be, ame siwo wɔ ɖe wo dzi la anɔ agbe hafi. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe wo dzi le gbea dzi. Gake megbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye le nye ŋkɔ ta la, mewɔ nu si mado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo dzoe le la gbɔ o. Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi, eye meka atam na wo le gbea dzi be mama wo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ɖe anyigbawo dzi, elabena womewɔ ɖe nye sewo dzi o, ke wogbe nye ɖoɖowo, wodo gu nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo biã ɖe wo fofowo ƒe legbawo ŋu. Metsɔ ɖoɖo siwo menyo o kple se siwo nu womate ŋu anɔ agbe ɖo o la hã na wo. Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’ “Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme. Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’ Ale mebia wo be, ‘Nuxeƒe kae nye esi mieyi?’ ” (Woyɔa teƒe sia be “Bama” si gɔmee nye nuxeƒe va se ɖe egbe.) “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua? Ne mietsɔ mia viwo sa vɔe le dzo me abe nunana ene la, mieyi gudodo mia ɖokuiwo dzi kple miaƒe legbawo va se ɖe egbe. Ɖe mana miabia gbem mahã, O! Israel ƒe aƒe? Meta nye agbe be nyemaɖe mɔ miabia gbem o’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Miebe míedi be míanɔ abe dukɔ bubuwo ene, abe xexemetɔwo ene, ame siwo subɔa ati kple kpe! Ke nu si le ta me na mi la, mava eme gbeɖe o.’ Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta nye agbe be maɖu mia dzi kple asi sesẽ kple abɔ si medo ɖe dzi kple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la. Makplɔ mi vɛ tso dukɔwo dome, eye maƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la kple asi sesẽ kpakple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la. Makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbedzi, eye le ŋkume kple ŋkume, le afi ma la, mabu fɔ mi. Mahe to na mi abe ale si mehe to na mia fofowo le Egipte gbegbe la ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Malé ŋku ɖe mia ŋu, mianɔ nye ameƒoti te, eye makplɔ mi ade nubabla ƒe sewo te. Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ “Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o. Elabena le nye to kɔkɔe si nye Israel ƒe to kɔkɔ la dzi la, Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le anyigba ma dzi, eye le afi ma la, maxɔ wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Le afi ma la, mahiã miaƒe nunana xɔasiwo kple miaƒe vɔsa kɔkɔewo. Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, ne mekplɔ mi va ɖo Israelnyigba si mekɔ asi dzi heka atam be matsɔ ana mia fofowo la dzi. Le afi ma la, miaɖo ŋku miaƒe nɔnɔme kple nu siwo katã miewɔ hegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo la dzi, eye ŋukpe alé mi ɖe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ta. Mianya be nyee nye Yehowa, ne mehe to na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye le miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe nu gbegblẽwo wɔwɔ nu o.’ O! Israel ƒe aƒe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe dziehe lɔƒo, gblɔ nya tsi tsitre ɖe dziehenyigba ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Negebnyigba ƒe avewo ŋuti. Gblɔ na ave si le Negeb la be, ‘Se Yehowa ƒe nya. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matɔ dzo wò, eye dzo la afia wò atiwo katã, ati mumuwo kple ƒuƒuawo siaa. Womatsi dzo la o, eye wòafia ŋkume ɖe sia ɖe tso dziehe yi anyiehe. Ame sia ame akpɔe be nye Yehowae do dzo la, eya ta womatsii o.’ ” Eye megblɔ be, “Aa, Aƒetɔ Yehowa! Wole gbɔgblɔm tso ŋunye be, ‘Menye lo ko dom wòle oa?’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa. Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe. Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’ “Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ. Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam. Wonyree hena amewuwu wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene! “ ‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe. “ ‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi, woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã. Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta. “ ‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ “Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe. Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã. Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu, yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi. Ale be dziwo nalolo banaa, eye ame kukuawo nasɔ gbɔ. Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu. O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene, wolée na amewuwu. O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame, afi sia afi si wo yi la nu trɔ ɖo. Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ. Nye Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam. “Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me. De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu, elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti. Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu. Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’ “ ‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi. Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’ “Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ. Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la, woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi siwo wole wuwu ge, ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe. Tsɔ yi la de eƒe aku me. Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le, le fofowòwo ƒe anyigba dzi. Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me. Ànye nake na dzo, woakɔ wò ʋu ɖi le wò anyigba dzi, womagaɖo ŋku dziwò o, elabena nye Yehowae gblɔe.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be: “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me. Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã. Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya. “ ‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa. Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti. Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo. Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le. Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu. Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Maƒo asikpe kplokplokpo kokoko le viɖe madzɔmadzɔ si miekpɔ kple ʋu si miekɔ ɖi le mia dome la ta. Ɖe dzi anɔ mia ƒo alo miaƒe asiwo asẽ ŋu le ŋkeke si matu nu kple mi la dzia? Nye, Yehowae ƒo nu, eye mawɔe hã. Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu. Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’ ” Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam. “Ame vi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋɔka nam; wo katã wonye akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi si susɔ ɖe kpodzo me. Wole ko abe klosaloŋuka ene. Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem. Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi. Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi. Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ” Yehowa ƒe nya gava nam be, “Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’ Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme. Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome. Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo. Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi. Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o. “Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o. Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nyɔnu eve aɖewo, dada ɖeka ƒe vinyɔnuviwo nɔ anyi. Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam. Oholae nye Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem. “Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria, wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo. Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui. Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo. “Eya ta metsɔe na eƒe ahiãviwo, Asiriatɔwo, ame siwo yome wòtina vevie. Woɖe amamae, kplɔ via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe, eye wowui kple yi. Ezu lodonya le nyɔnuwo dome, eye wohe to nɛ. “Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu. Eya hã ti Asiriatɔwo, mɔmefiawo kple aʋafia gãwo, aʋawɔla, siwo le asrafowu me, sɔdolawo; ame siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo yome. Mekpɔe be eya hã do gu eɖokui, eye wo ame eve la siaa to mɔ ɖeka ma. “Gake eya gatsɔ gbolowɔwɔ yi ŋgɔe wu. Ekpɔ wota ŋutsuwo ɖe gli aɖe ŋu. Wota Babiloniatɔwo kple aŋɔ dzĩ, alidziblanu le ali dzi na wo, eye tablanu gã le ta na wo. Wo katã woɖi Babiloniatɔwo ƒe tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo, eye wonye Babiloniatɔwo. Esi wòkpɔ wo ko la, wodzroe, eye wòdɔ amewo ɖe wo le Babilonia. Babiloniatɔwo do gui. Esi wodo gui vɔ la, etrɔ le wo yome kple dɔmedzoe. Esi wòyi eƒe gbolowɔwɔ dzi le gaglãgbe, eye wòɖe amama fia amewo ta la, meɖe asi le eŋu kple dɔmedzoe abe ale si meɖe asi le nɔvia nyɔnu ŋu kple dɔmedzoe ene. Ke egayi gbolowɔwɔ dzi wu esi wòɖo ŋku eƒe ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime wònye gbolo le Egipte. Le afi ma la, eti eƒe ahiãviwo yome. Woƒe ŋutsu le abe tedzitsuwo tɔ ene, eye woƒe ŋutsunu le abe sɔtsuwo tɔ ene. Ale ŋukpenanu siwo nèwɔ le wò ɖetugbime gadzro wò esime nènɔ Egipte, woli asi wò akɔnu, eye wolé wò ɖetugbimeno. “Eya ta Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Made ada ta me na wò ahiãviwo, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe, eye makplɔ wo vɛ woatso ɖe ŋuwò tso axa ɖe sia ɖe dzi. Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo. Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu. Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ. Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe. Ale matɔ te ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ si gɔme nèdze le Egipte. Nu siawo magadzro wò o, eye màgaɖo ŋku Egipte dzi azɔ o.’ “Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esusɔ vie matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe. Woatu nu kpli wò kple fuléle, eye woatsɔ wò nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu, eye woahe wò gbolowɔwɔ ƒe ŋukpe ɖe go. Wò ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ woe he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo. Èdze nɔviwò nyɔnu yome, eya ta matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.’ “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Àno nɔviwò nyɔnu ƒe kplu, kplu si lolo, eye wòde eme, ahe vlododo kple koko vɛ, elabena nu geɖewo le eme. Ahamumu kple nuxaxa ayɔ mewò. Nɔviwò nyɔnu, Samaria, ƒe kplu nye tsɔtsrɔ̃ kple aƒedozuzu ƒe kplu. Ànoe wòavɔ le eme ƒiaƒiaƒia, aɖuɖɔ eƒe gbagbãwo eye nàde abi wò nowo ŋu. Aƒetɔ Yehowa be, yee gblɔe. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume, elabena wowɔ ahasi, eye ʋu ƒo asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo; wotsɔ wo vi siwo wodzi nam la sa vɔe gɔ̃ hã abe nuɖuɖu na woƒe legbawo ene. Wogawɔ esia ɖe ŋunye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodo gu nye kɔkɔeƒe la, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Le ŋkeke si dzi wotsɔ wo viwo sa vɔe na woƒe legbawo la, gbe ma gbe tututue woge ɖe nye kɔkɔeƒe la, eye wodo gui. Nu mae wowɔ le nye aƒe me. “Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo. Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo. “Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo. Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’ Eye wodɔ egbɔ. Abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolo gbɔ ene la, nenema wodɔ nyɔnu ŋukpenanuwɔla, Ohola kple Oholiba gbɔe. Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’ Ameha la aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, eye woatɔ dzo woƒe xɔwo. “Ale matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba la dzi, ale be nyɔnuwo katã nakpɔ nuxɔxlɔ̃, eye womaganɔ agbe abe woawo ene o. Miaxɔ miaƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ƒe tohehe, eye miatsɔ miaƒe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Ekema mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi. Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’ “Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi, tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme. Tsɔ lã la de ze la me. Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo, lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti. Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo. Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me, eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa. Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme. “Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Babaa na hlɔ̃dodu la, babaa na nuɖaze si lé ɣebia, eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o! Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me, gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o. “Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome. Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, mekɔe ɖe anyigba dzi, afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o. Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la, mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le. Nye hã mali kɔ nake wòakɔ. Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo. Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme, eye nàna ƒuawo nafia. Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ, ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia. Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro; womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o. “ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ. “ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o. Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.” Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la. Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?” Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be, Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o. Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome. Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ “Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la, gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò. Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu. Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la, matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi. Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la, maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi. Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o, eye mahe to na Moabtɔwo vevie. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan. Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu. Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene. Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu Le atsiaƒu me la, azu ɖɔsiaƒe. Nyee ƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Azu nuhaha na dukɔwo, eye eƒe duwo le anyigba la dzi me tɔwo atsi yinu. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe. Atsɔ yi awu wò du siwo le anyigba dzi la me tɔwo, atu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò. Atrɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye wòatsɔ eƒe aʋawɔnuwo agbã wò xɔ tsralawo. Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene. Eƒe sɔwo ƒe afɔkliwo agblẽ nu le wò ablɔwo katã dzi, awu wò amewo kple eƒe yi, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi. Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me. Mana wò hadzidzi ƒe ɖiɖi sesĩe nu natso, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o. Mana nàzu agakpe si le ƒuƒlu, eye nàzu teƒe si woasia ɖɔwo ɖo. Womagbugbɔ wò atu akpɔakpɔ o, elabena, nye Yehowae ƒo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa? Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò. Ekema woadzi konyifahawo ɖe ŋuwò, eye woagblɔ nya siawo na wò. “ ‘Aleke ƒudzitɔwo gbã wò, o, du xɔŋkɔ! Ènye ŋusẽ nɔ ƒuwo dzi kpɔ, wò kple wò amewo, mienye ŋɔdzi na ame siwo katã nɔ afi ma. Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’ ” Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la, ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o. Mana wò nuwuwu nadzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o. Woadi wò, gake womagakpɔ wò akpɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu. Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Ègblɔ be, ‘Tiro, mede blibo le nyonyo me.’ Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi, ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo. Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo, eye wotsɔ sedati tso Lebanon hewɔ abaladoti na wò. Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu. Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta. Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo, eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo. Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo. Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi, aƒle wò adzɔnuwo. “Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò. Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ wò gliwo ŋu le akpawo katã, eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo. Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu, eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo. “Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo. “Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me. “Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo. “Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò. “Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika. “Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò. Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie. “Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo. Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi. Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi. Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli. Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo, wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã kple wò ameha blibo si le ʋua me la, anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ. Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la, ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe. Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la, agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi, ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta. Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò, woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi, eye woamli le dzowɔ me. Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya. Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese kple konyifafa vevie. Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la, woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be, Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro, du si atsiaƒu ƒo xlãe ene? Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la, èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo. Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo. Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu le tsiwo ƒe gogloƒe, wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò. Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò; woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi, eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃. Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò. Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã. Ɖe nènya nu wu Daniel mahã? Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ hekpɔ hotsui na ɖokuiwò, eye nèƒo ƒu sika kple klosalo ɖe wò nudzraɖoƒewo. Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Be nèbu be yenya nu, yenya nu abe mawu aɖe ene ta la, makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me. Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe le atsiaƒuwo titina. Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me. Àku abe aʋamatsomatsotɔwo ene le amedzrowo ƒe asi me. Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu, nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo. Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò. Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene, elabena nenemae meɖo wòe. Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ le dzokpewo dome. Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbe si gbe wowɔ wò va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o. To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la, ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃. Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi; menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome. Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa si me nuteƒewɔwɔ mele o me la, èdo gu wò Kɔkɔeƒewo. Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò, eye mena nèzu afi le anyigba, le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume. Dukɔ siwo katã nya wò la ƒe nu ku le ŋutiwò; wò nuwuwu dziŋɔ la va ɖo, eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme. Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi le eƒe ablɔwo dzi. Ame kukuwo adze anyi le eme, eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa. “ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa. “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi. Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu. Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.” Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu, mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo me kple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti. Magblẽ wò ɖe gbegbe, wò kple wò tɔwo me lãwo katã; àdze gbadzaƒe dzi, womafɔ wò alo atsɔ wò o. Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo. Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa. “ ‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la. Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime. “ ‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo. Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “ ‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la, metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi. Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ. Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. “ ‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me. Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma. Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o. Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.” ’ ” Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o. Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo. Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Mifa avi, miagblɔ be, Baba na ŋkeke ma, elabena ŋkeke ma gogo, Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe, ŋkeke si dzi blukɔ ado, ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi. Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu, eye ŋɔdzi aɖo Kus. Ne ame ku le Egipte la, woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe, eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu. Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’ “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe. “Woazu gbegbe le anyigba siwo wogblẽ la dome, eye woƒe duwo anɔ du siwo wogbã la dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne metɔ dzo Egipte, eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã. “Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo. “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar, Babilonia fia ƒe asi dzi. Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, ame siwo mekpɔa nublanui na amewo le dukɔwo katã dome o la, vɛ be woagblẽ anyigba la. Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi. Mana Nil tɔsisi la namie, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la kple nu sia nu si le edzi. Nye, Yehowae ƒo nu. “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Magbã woƒe legbawo, eye maɖe aklamakpakpɛ siwo le Memfis la ɖa. Dziɖula aɖeke maganɔ Egipte azɔ o, eye mana vɔvɔ̃ naɖo ame sia ame le anyigba la dzi. Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes. Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium, Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi, eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo. Matɔ dzo Egipte; Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese, ahom akplɔ Tebes adzoe, eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta. Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo. Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo. Ale mahe to na Egipte, eye wòanya be nyee nye Yehowa.’ ” Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o. Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene. Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be, “Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me? Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon. Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi. Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo Tsiwo na nunyiamewoe, tsitsetse goglowo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete, eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati siwo katã le gbedzi la gbɔ. Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta. Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te. Eɖi fia le eƒe nyonyo me, le eƒe alɔwo ƒe keke ta, elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me. Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la mete ŋu ke ɖi kplii o, sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o, eye womate ŋu atsɔ xetiwo ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o. Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la, mede enu le nyonyo me o. Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo, eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ, Mawu ƒe abɔ la me. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la, metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga, eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi. Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome. Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’ “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me, “ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo, Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me. “ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye, Mada nye ɖɔ ɖe dziwò, Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me. Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi, Eye mada wò ɖe gbedzi, Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò, Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã Nanya avuzi le dziwò. Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi, Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua. Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi, Ayi keke toawo te ke, Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã. Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o. Dziƒokaɖi keklẽwo katã, Mana woado viviti ɖe dziwò. Mahe viviti ava wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi, Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ, Le dukɔwo dome. Le anyigba siwo mènya o la dzi. Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò, Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò, Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume. Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la, Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta. “ ‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ, “ ‘Babilonia fia ƒe yi Ado ɖe ŋuwò. Mana wò amewo natsi ame sesẽwo, Ame siwo sẽa ŋuta wu Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu. Woatsi Egipte ƒe dada nu, Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi. Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã Tso tsi gãwo to, Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o, Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o. Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi, Eye mana woatsa abe ami ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Ne mena Egipte zu gbegbe, Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa, Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la, Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. “Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime. Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’ Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo. Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’ “Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu. Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu. “Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu. Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe. “Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã. “Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome. “Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome. “Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime. “Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla, eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la, ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui. Ke ne gbetakpɔla la kpɔ yi la wògbɔna, eye meku kpẽ la be yeaɖo afɔ afɔta na ameawo o, eye yi la va wu wo dometɔ ɖeka la, woakplɔ ame la adzoe le eƒe nu vɔ̃ ta, gake mana gbetakpɔla la nana akɔnta le eƒe ʋu ŋuti. “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu. Ke ne ègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye wògbe la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò ya la, àɖe ɖokuiwò. “Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’ Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’ “Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’ Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Eye ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘Èle kuku ge godoo’ ke wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo, ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o. Womaɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi nɛ o. Ewɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe; anɔ agbe kokoko. “Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o. Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta. Nenema ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe la, anɔ agbe to nu sia wɔwɔ me. Ke, O! Israel ƒe aƒe, ègblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.” Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe wuievelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe la, ŋutsu aɖe si si tso Yerusalem la va tum, eye wògblɔ nam be, “Wogbã du la!” Azɔ la, fiẽ si do ŋgɔ na ŋutsu la ƒe vava la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eʋu nye nu hafi ŋutsu la va gbɔnye le ŋdi me. Ale nye nu ʋu, eye nyemegazi ɖoɖoe o. Eye Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’ Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa? Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ” Gblɔ na wo be, alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame siwo susɔ ɖe du gbagbãwo me la atsi yi nu; matsɔ ame siwo le gbedzi la ade asi na lã wɔadãwo woavuvu wo, eye ame siwo le mɔ sesẽwo me kple agadowo me la, dɔvɔ̃ awu wo. Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta. “Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’ Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu. Le nyateƒe me la, le wo gbɔ la, mènye naneke wu ame si tsɔa gbe vivi dzia lɔlɔ̃hawo, eye nèƒoa haƒonu aɖe nyuie ale be woase wò nyawo, ke womewɔa wo dzi o. “Ne nu siawo katã va eme, eye woava eme hã la, ekema woanya be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa? Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o. Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo. Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo. Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’ “Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya. ‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la, eya ta o, alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nyawo.’ Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’ “Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi. Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi. Maɖe wo tso dukɔwo me, maƒo ƒu wo tso anyigbawo dzi, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mana woaɖu gbe le Israel towo dzi, le Israel ƒe baliwo me kple amenɔƒewo katã le anyigba la dzi. Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi. Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye. “Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome. Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea? Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’ “Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome. Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la, maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome. Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene. Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe. “ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me. Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi. Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me. Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o. Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o. Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee. Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’ “ ‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la, eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo. Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi. Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã. Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’ “Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã. Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, ‘Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo. Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.” Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe. Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.” ’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya. Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’ Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la, eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’ Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo. Eya ta gblɔ nya ɖi tso Israelnyigba ŋuti, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo be, “Aƒetɔ Yehowa be, mele nu ƒom le nye ŋuʋaʋã ƒe dziku me, elabena miekpe fu le dukɔwo ƒe fewuɖuɖu me. Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.” ’ “Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe. Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi, eye mana amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ du gbagbãwo atu. Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. Mana nye dukɔ, nye dukɔ, Israel, nazɔ le dziwò. Woaxɔ wò, eye nànye woƒe domenyinu; miagaxɔ wò viwo le wo si azɔ o. “Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi amewo gblɔna na mi be mieɖua amelã, eye mieɖea vi ɖa le miaƒe dukɔ ŋuti ta la, miagaɖu amelã azɔ o, eye miagatsrɔ̃ ɖeviwo na dukɔa azɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Nyemagana miase dukɔwo ƒe fewuɖuɖu le mia ŋu o, eye dukɔwo magado vlo mi alo ana miaƒe dukɔ la nadze anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” Aƒetɔ Yehowa ƒe nya gava nam be, “Ame vi, esime Israelviwo nɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, wodo gui to woƒe nɔnɔme kple wɔnawo me. Woƒe nɔnɔme le abe nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ ene le nye ŋkume. Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi, elabena wokɔ ʋu ɖe anyigba la dzi, eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe legbawo. Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu. Eye afi sia afi si woyi le dukɔwo dome la, wodoa gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, elabena wogblɔ tso wo ŋu be, ‘Ame siawo nye Yehowa ƒe amewo, ke ele na wo be woadzo le anyigba la dzi.’ Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.” Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae. Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume. “Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome. Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me; maɖe miaƒe kpedzi ɖa le mia me, eye mana lãkusidzi mi. Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi. Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu. Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o. Madzi atikutsetsewo kple miaƒe agblemenukuwo ɖe edzi, ale be miagaɖu ŋukpe le dukɔwo dome le dɔwuame ta o. Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta. Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le gbe si gbe maklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋuti la, mana amewo naganɔ miaƒe duwo me, eye woagbugbɔ gli gbagbãwo aɖo. Woade agble ɖe gbegbewo, eye womaganye gbegbe le emetsolawo ŋkume o. Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me. Ekema dukɔ siwo susɔ ƒo xlã mi la anya be, nye Yehowae gbugbɔ du siwo wogbã la tu, eye medo nukuwo ɖe gbegbewo. Nye Yehowae gblɔe, eye mawɔe hã.” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Magaɖo to Israel ƒe aƒe ƒe kokoƒoƒo, eye mawɔ nu sia na wo. Mana eƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene, abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo. Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla. Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.” Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe. Made lãmeka mia me, lã naɖo mia ŋu, eye mafa ayi ɖe mia ŋu. Made yagbɔgbɔ mia me, eye miagbɔ agbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ” Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene. Esi menɔ nya la gblɔm ɖi la, hoowɔwɔ sesẽ aɖe ɖi, eye ƒuawo ƒo ƒu hetɔ ɖe wo nɔewo nu. Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ lãmekawo kple lã ɖo ƒuawo ŋu eye ayi fa ɖe wo ŋu, gake gbɔgbɔ mege ɖe wo me o. Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’ ” Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene, eye gbɔgbɔ ge ɖe wo me. Wogbɔ agbe, eye wotsi tsitre; aʋakɔ gã aɖee. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’ Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi. Ekema mi, nye amewo, mianya be nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye meɖe mi do goe tso wo me. Made nye Gbɔgbɔ mia me, mianɔ agbe, eye mana mianɔ miawo ŋutɔ miaƒe anyigba dzi. Ekema mianya be nye, Yehowa, meƒo nu, eye mewɔe hã; Yehowae gblɔe.’ ” Yehowa ƒe nya va nam, “Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’ Tɔ wo ɖe wo nɔewo nu ale be woazu ɖeka le wò asi me. “Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’ Lé ati siwo dzi nèŋlɔ nu ɖo la ɖe woƒe ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o. Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu. “ ‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi. Woanɔ anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob, anyigba si dzi mia fofowo nɔ la dzi. Woawo kple wo viwo kple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbetegbe, eye David, nye dɔla, anye woƒe fiaviŋutsu tegbetegbe. Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe. Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo. Ekema dukɔwo anya be, nye Aƒetɔ lae wɔ Israel kɔkɔe le esime nye Kɔkɔeƒe la le wo dome tegbetegbe.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal. Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame. Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo, Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.” “Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu. Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie. Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.” Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o. Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.” Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?” Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa? Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe. Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu. Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi. Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu. Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi. Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã. Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu. Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime. Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã. Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa. “ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel. Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe. “ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ. Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime. “ ‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre. Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko. “ ‘Le ɣleti adrea ƒe nuwuwu la, woagadze woƒe nudidi gɔme. Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime. Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’ “Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu. Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan. Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu. Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi. Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu. Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta. Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o. Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o. Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae. Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene. Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi. Amea gblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ nu kple wò ŋkuwo, nàse nu kple wò towo, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si mafia wò la ŋu, elabena eya tae wokplɔ wò va afi sia ɖo. Gblɔ nu sia nu si nàkpɔ la na Israel ƒe aƒe la.” Mekpɔ gli aɖe si ƒo xlã gbedoxɔ la ƒe teƒe kpe ɖo. Dzidzeti si le ŋutsu la si la didi mita etɔ̃. Edzidze gli la; gli la tri dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka. Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka. Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka. Edzidze agbo la ƒe akpata wòkeke dzidzeti ɖeka, eye wòdidi mita ene. Yaxɔƒe si le agboa nu la dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la nu ƒe akpa ɖe sia ɖe; dzidzeme ɖeka li na wo ame etɔ̃awo, eye gli ɖe sia ɖe si do ɖe ŋgɔ la ƒe ŋkume nye didime ma ke. Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke mita atɔ̃ eye wòdidi mita ade kple afã. Gli si kɔ mita afã la le xɔvi ɖe sia ɖe nu, eye xɔviawo ƒe didime kple kekeme siaa nye mita etɔ̃. Emegbe la, edzidze agbo la ƒe mɔnu tso xɔvi ɖeka ƒe gli megbetɔ ŋu yi xɔvi si dze ŋgɔe la ƒe gli gbɔ va se ɖe evelia megbe, wòdidi mita wuieve kple afã tso mɔnu yi mɔnu si dze ŋgɔ nɔvia. Edzidze gli siwo do ɖe ŋgɔ la ŋkume ƒo xlã agbo la nu wòde mita blaetɔ̃ va se ɖe agbo la ƒe akpata gbɔ le goawo katã me. Tso agboa nu yi akpata la ƒe seƒe la le mita blaeve vɔ atɔ̃. Xɔviawo kple gli siwo do ɖe ŋgɔ le agbo la ƒe mɔnu la, mɔnu suesuewo ƒo xlã wo abe yaxɔƒe la ene, eye wo katã wotrɔ mo ɖo ɖe eme lɔƒo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu. Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu si le egodo afi si xɔviwo le. Woɖo kpe ɖe anyigba godoo kpe ɖo. Xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe ɖo atsyɔ̃ na wo nu. Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu. Esiae nye kpenyigba si le anyigbeme lɔƒo. Edzidze didime si le agbo etetɔ kple xɔxɔnu emetɔ dome. Edidi mita blaatɔ̃ le ɣedzeƒe kple anyiehe siaa. Emegbe la, edzidze anyiehegbo la ƒe didime kple kekeme siaa yi ɖe xɔxɔnu egodotɔ gbɔ. Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Eƒe mɔnuwo, akpata la kple eƒe detitatawo ƒe dzidzemewo le abe ɣedzeƒegbo la tɔwo ene. Atrakpui adre le eŋu, eye eƒe akpata le atrakpuiawo xa. Agbo aɖe le xɔxɔnu egodotɔ ŋu dze ŋgɔ anyiehegbo la abe ale si ɖeka nɔ ɣedzeƒe ene. Edzidze nu tso agbo ɖeka nu yi esi le eƒe axadzi gbɔ, wòle mita blaatɔ̃. Tete wòkplɔm yi dziehe lɔƒo, eye mekpɔ agbo aɖe si dze ŋgɔ dziehe lɔƒo. Edzidze eƒe gliwo kple eƒe akpata wole abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Atrakpui adre nɔ ete, eye eƒe akpata nɔ woƒe akpa eveawo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu le akpa ɖe sia ɖe me. Agbo aɖe le xɔxɔnu emetɔ hã ŋu, eye wòdze ŋgɔ dziehe. Edzidze nu tso agbo sia nu yi agbo egodotɔ si nɔ dziehe lɔƒo wòde mita blaatɔ̃. Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu emetɔ to dziehegbo la nu; edzidze dziehegbo la, eye wònɔ abe bubuawo ene. Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la nu kple eƒe akpata la ŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Akpata siwo ƒo xlã xɔxɔnu emetɔ la keke mita wuieve kple afã, eye wode eme mita eve kple afã. Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ; detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo, eye atrakpui enyi nɔ ete. Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu emetɔ si le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòdzidze agbo la; eƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo le eƒe axa eveawo dzi, eye atrakpui enyi nɔ ete. Le esia megbe la, ekplɔm yi anyiehegbo la gbɔ, eye wòdzidzee. Eƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene, abe eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ene, eye fesrewo nɔ eŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na sɔtiawo le akpa eveawo, eye atrakpui enyi le ete. Xɔ aɖe li si ƒe mɔnu le akpata la ŋu le agbo emetɔ ɖe sia ɖe ŋu, afi siae wokpalaa numevɔsawo le. Le akpata si le agbo la nu me la, kplɔ̃ eve le axa ɖe sia ɖe dzi. Kplɔ̃ siawo dzi wowua numevɔsalãwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple fɔɖivɔsalãwo le. Le akpata la ƒe gli egodotɔ, te ɖe agbo la nu kple atrakpuiawo ŋu le anyiehegbo la nu la, kplɔ̃ eve li, eye eve bubu hã gale atrakpuiawo ƒe akpa kemɛ. Ale kplɔ̃ ene le agbo la ƒe akpa ɖeka, eye kplɔ̃ ene bubu gale agbo la ƒe akpa kemɛ hã; wonye kplɔ̃ enyi siwo dzi wowua vɔsalãwo le. Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu. Woklã nu siwo woatsɔ nuwo akui, eye nu eve li na ɖe sia ɖe la ɖe gliawo ŋu kpe ɖo. Ɖe sia ɖe didi abe asi ɖeka ene. Kplɔ̃awo li na vɔsawo ƒe lãwo. Le agbo egodotɔ godo, le xɔxɔnu emetɔ me la, xɔ eve li, ɖeka le anyiehegbo la xa, eye wòdze ŋgɔ dziehe; evelia le agbo si le dziehe gome la xa, eye wòdze ŋgɔ anyiehe. Egblɔ nam be, “Xɔ si dze ŋgɔ dziehe gome lae nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ, eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.” Edzidze xɔxɔnu la; eƒe didime sɔ kple eƒe kekeme si nye mita blaatɔ̃. Vɔsamlekpui la le gbedoxɔ la ŋgɔ. Ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo; wokeke mita eve kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Eƒe mɔnu keke mita adre, eye eƒe gliwo keke mita ɖeka kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Akpata la keke mita ewo, eye wòdidi mita ade tso ŋgɔ yi megbe. Atrakpuiwo le ete, eye sɔtiwo le domegliawo ƒe akpa ɖe sia ɖe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe. Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo. Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe domegliwo: ɖe sia ɖe keke mita ɖeka. Mɔnu la keke mita etɔ̃, eye gli siwo le eƒe axawo dzi la keke mita etɔ̃ kple afã. Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.” Tete wòdzidze gbedoxɔ la ƒe gliwo; etri mita etɔ̃, eye axadzixɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe keke mita eve. Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o. Axadzixɔawo le ɖoɖo gbãtɔ me mekeke abe evelia me tɔwo ene o, eye woawo hã mekeke abe ɖoɖo etɔ̃lia me tɔwo ene o. Atrakpuiwo tso ɖoɖo gbãtɔ yi ɖoɖo etɔ̃lia to ɖoɖo titinatɔ me. Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃. Axadzixɔawo ƒe gli egodotɔ tri mita eve kple afã. Teƒe si tsi anyi le axadzixɔawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome la keke mita ewo ƒo xlã gbedoxɔ la. Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo. Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃. Azɔ la, edzidze gbedoxɔ la. Edidi mita blaatɔ̃, eye gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu kple xɔ la ƒe gliwo hã didi nenema ke. Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣedzeƒe lɔƒo kple gbedoxɔ la ŋgɔ keke mita blaatɔ̃. Le esia megbe la, edzidze xɔ si dze ŋgɔ xɔxɔnu si le gbedoxɔ la megbe la kple dziƒoxɔ siwo le gbedoxɔ la me le akpa ɖe sia ɖe, eye wode mita blaatɔ̃. Gbedoxɔ egodotɔ kple emetɔ kple akpata si dze ŋgɔ xɔxɔnu la, kple fesre sue kple xɔmedziƒoxɔ siwo ƒo xlã nu etɔ̃awo; wofa ʋuƒo ɖe wo kple anyigba kpakple gliawo ŋu va se ɖe fesreawo te. Le teƒe si le gbedoxɔ emetɔ ƒe ʋɔtru tame kple gliawo ŋu le dometsotso mamlɛtɔ si ƒo xlã gbedoxɔ emetɔ kple egodotɔ ŋu la, kerubiwo kple deti siwo wokpa la li. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe. Ame ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa ɖeka, eye dzata ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa kemɛ. Wokpa wo ɖe gliawo ŋu ƒo xlã gbedoxɔ blibo la. Tso anyigba yi teƒe si le ʋɔtru la tame la, wokpa kerubiwo kple detiwo ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe gliwo ŋu. Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene. Ativɔsamlekpui si kɔ mita ɖeka kple afã, eye eƒe axawo didi mita ɖeka la, wowɔ eƒe dzogoewo, ete kple eƒe axawo kple ati. Ame la gblɔ nam be, “Esiae nye kplɔ̃ si le Yehowa ŋkume.” Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu. Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve. Wokpa kerubiwo kple detiwo abe esiwo wokpa ɖe gliawo ŋuti la ene ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la ŋgɔ. Fesre sue siwo ƒe akpa eveawo ŋu wokpa detiwo ɖo la, le akpata la ƒe axadzigliwo ŋu. Agbaliwo le gbedoxɔ la ƒe axadzixɔawo hã ŋu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tete ŋutsu la kplɔm ɖo ta anyiehe gome yi xɔxɔnu egodotɔ me, eye míeyi xɔ siwo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ƒe axadzi kple egodogli si le anyiehe gome la me. Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃. Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egodotɔ ƒe kpeɖoɖoawo kasa la, xɔmedziƒoxɔ dze ŋgɔ xɔmedziƒoxɔ le ɖoƒe etɔ̃awo. Mɔ aɖe le xɔawo ŋgɔ, ekeke mita atɔ̃, eye wòdidi mita blaatɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome. Xɔtamexɔ etɔ̃liawo me mekeke abe etetɔwo me ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata xɔ teƒe le wo si. Sɔtiwo mele xɔtamexɔ etɔ̃lia ƒe xɔwo ŋu abe xɔxɔnu la ene o, ale wo me le sue wu xɔ siwo le ɖoɖo etetɔwo me. Egodogli aɖe le xɔawo kple xɔxɔnu egodotɔ dome. Ekeke mita blaeve vɔ atɔ̃ le xɔawo ŋgɔ. Esime xɔ siwo le xɔxɔnu egodotɔ ƒe axadzi didi mita blaeve vɔ atɔ̃ la, esiwo te ɖe gbedoxɔ la ŋu la didi mita blaatɔ̃. Mɔnu le xɔ etetɔwo ŋu le ɣedzeƒe lɔƒo ne woage ɖe wo me to xɔxɔnu egodotɔ la dzi. Xɔwo nɔ xɔxɔnu egodotɔ ƒe gli ƒe didime ŋu le dziehe gome; wote ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ŋu le gli egodotɔ kasa, eye mɔnu aɖe nɔ wo ŋgɔ. Esiawo nɔ abe xɔ siwo nɔ anyiehe ene. Woƒe didime sɔ kple woƒe kekeme, eye woƒe mɔnuwo kple dzidzemewo ɖi anyiehexɔwo tɔwo. Woƒe mɔnuwo ɖi xɔ siwo le dziehe gome tɔwo. Mɔnu ɖeka nɔ glia ƒe gɔmedzedze, si le ɣedzeƒe lɔƒo la kasa afi si woato age ɖe xɔawo me. Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe. Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.” Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma. Etsɔ dzidzeti la dzidze eƒe ɣedzeƒe lɔƒo wòdidi mita alafa eve blaatɔ̃ (250). Edzidze eƒe anyiehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. Edzidze eƒe dziehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. Azɔ la, etrɔ do ɖe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòdzidzee wònɔ mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250), keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tete ame la kplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ, eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm. Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ge ɖe gbedoxɔ la me to agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me. Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me. Esime ŋutsu la tsi tsitre ɖe axanye la, mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam tso gbedoxɔ la me. Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o. Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me. Azɔ la, na woaɖe woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe legba siwo me agbe mele o la ɖa tso gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee. “Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu, eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi. “Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se. Teƒe siwo katã ƒo xlãe le to la dzi la anye teƒe kɔkɔe. Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se.” “Esiawoe nye vɔsamlekpui la ƒe dzidzeme. Eƒe tsitoƒe de eme mita afã, eye wòkeke mita afã; woɖo to nɛ si kɔ asiƒo afã. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme le ale: Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã. Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe kɔ mita eve, eye lãdzo eve tso dzodoƒe la ŋu do ɖe yame. Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe sɔ le didime kple kekeme siaa, eye ɖe sia ɖe nye mita ade. Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.” Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui. Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ele na wò be nàku lã la ƒe ʋu aɖe asi ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzo eneawo kple kɔ eneawo ƒe dzogoewo ŋu aƒo xlã kpe ɖo, ale nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu, eye nàlé avu ɖe enu. Ele na wò be nàtsɔ nyitsu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàtɔ dzoe le teƒe si woɖo ɖi nɛ le gbedoxɔ la me le kɔkɔeƒe la godo. “Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene. Ne èwu eŋutikɔkɔ nu vɔ la, ele na wò be nàna nyitsu fɛ̃ aɖe kple agbo aɖe tso lãha la me; kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. Ele na wò be nàna wo le Yehowa ŋkume, eye nunɔlaawo awu dze ɖe wo dzi, eye woatsɔ wo asa numevɔe na Yehowa. “Ele na wò be nàna gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe, ŋkeke adre hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàgana nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo ɖeka tso lãha la me, kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. Woawɔ avuléle ɖe vɔsamlekpui la nu ŋkeke adre, wɔakɔ eŋuti, eye woatsɔe ana. Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui. Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme. Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.” Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi. Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti. Gblɔ na Israel ƒe aƒe dzeaglã la be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Miaƒe ŋukpenanuwɔnawo sɔ gbɔ, O! Israel ƒe aƒe! Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la. Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’ Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o. “ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo. Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mele be woate ɖe ŋunye be yewoasubɔm abe nunɔlawo ene alo ate ɖe nye nu kɔkɔewo alo nye vɔsa kɔkɔewo ŋu o. Ele na wo be woatsɔ woƒe ŋukpenanuwɔnawo ƒe ŋukpe. Ke matsɔ wo ada ɖe gbedoxɔ la ƒe dɔdeasiwo kple dɔ sia dɔ si woawɔ le eme la nu. “ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’ “ ‘Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, woado aklalawuwo, womado lãfuwu aɖeke esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ me alo le gbedoxɔ la me o. Woabla ta kple tablanu aklalatɔwo, eye woado aklalawutewuiwo ɖe ali. Womado naneke si ana woate fifia o. Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o. “ ‘Womaƒlɔ ta o, eye womana woƒe ɖa nato ʋutuu hã o, ke woafɔ woƒe taɖa dzi. Nunɔla aɖeke mano wain ne wòge ɖe xɔxɔnu emetɔ o. Womaɖe ahosiwo alo nyɔnu siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ o. Ame siwo woate ŋu aɖe ko la woe nye Israel ɖetugbiwo alo nunɔlawo ƒe ahosiwo. Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome. “ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe. “ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Ne wokɔ eŋuti la, alala ŋkeke adre. Gbe si gbe wòaɖo afɔ kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la la, ele be wòana nu hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi. Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ. Kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo kple miaƒe nunana tɔxɛwo katã anye nunɔlawo tɔ. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo ana wo, ale be yayra nanɔ wò aƒemetɔwo dzi. Nunɔlawo maɖu xevi alo lã aɖe si ku loo alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu la o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe. Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la. Le anyigba la ƒe teƒe kɔkɔe la ŋu la, midzidze akpa aɖe wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300). Afi siae Kɔkɔeƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ. Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa. Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300) la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me. “ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ. “ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba. Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu. “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de. Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo. Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu. “ ‘Esiae nye nu tɔxɛ si miana, lu kilogram etɔ̃ tso lu kotoku ɖe sia ɖe me kple ƒo kilogram eve tso ƒo kotoku ɖe sia ɖe me. Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene. Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu. “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu. Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu. Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu. “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã. Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta. Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu. “ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi. Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me. Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu. Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu. Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu. Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke. “ ‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me. Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go. “ ‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu. Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la. “ ‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi. Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ. Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa. “ ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me. Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe. Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’ ” Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.” Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi. Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi. Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo. Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe. Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo. Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃ (500), eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me. Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo klonu la me. Edzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo ali la me. Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o. Ebiam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia?” Azɔ la, ekplɔm yi tɔsisi la to. Esi meɖo afi ma la, mekpɔ ati geɖewo le tɔsisi la ƒe axa eveawo. Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi. Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe. Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene. Ke eƒe siiwo kple tawo matrɔ o, ke boŋ woagblẽ wo ɖi na dze. Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef. Ele be miama anyigba la sɔsɔe ɖe wo dome, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be matsɔe ana mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu. “Esiae anye anyigba la ƒe liƒowo. “Le anyiehe lɔƒo la, liƒo la atso Atsiaƒu Gã la nu, ato Hetlon ayi Lebo Hamat va se ɖe Zedad. Berota kple Sibraim, afi si le liƒo si le Damasko kple Hamat dzi, ayi keke Hazer Hatikon, le Hauran ƒe liƒo dzi. Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la. Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la. Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la. Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la. “Ele be miama anyigba la ɖe mia dome ɖe Israel ƒe toawo nu. Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome. To sia to si me amedzro la tsi la, afi mae miana eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe.