Audio
stringlengths
109
111
Transcript
stringlengths
166
12k
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele nu ƒom na ame siwo nya se la; ɖe mienyae bena ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã? Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o. Eya ta ne srɔ̃nyɔnu la gale ŋutsu bubu gbɔ dem esime srɔ̃ŋutsu la le agbe la, ekema nyɔnu la nye ahasiwɔla; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, ekema srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, meganye ahasiwɔla o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu. Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku. Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o. Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.” Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku. Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku. Elabena mekpɔe dze sii be se si wode hena agbe la he ku vɛ boŋ. Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam. Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo. Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Ke boŋ nu vɔ̃ lae, bena wòadze ƒãa be etsɔ nu nyui wɔ ku nam, be to sedede la me la, nu vɔ̃ navɔ̃ɖi ɖe edzi ŋutɔ. Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna. Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo. Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae. Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna. Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm. Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam. Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me; gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la. O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me? Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o, elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me. Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me, be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu. Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa. Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o. Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o. Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o. Ke ne Kristo le mia me la, miaƒe ŋutilã ku le nu vɔ̃ ta, gake Gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti. Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míenyi fe, gake menye ŋutilã si míenyi fe le, be míanɔ agbe le ŋutilã nu o. Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe. Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo. Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “ Abba, Fofo.” Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me. Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o. Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ, be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi. Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam. Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã? Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me. Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me. Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. Eye ame siwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ame siwo wòyɔ la, woawo wòtso afia na, eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋuti wòkɔ. Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa? Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo. Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.” Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele alakpa dam o, eye nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi. Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe. Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen. Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o. Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.” Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe. Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.” Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu. Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ, wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la”; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.” Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe! Elabena egblɔ na Mose be, “Makpɔ nublanui na ame si makpɔ nublanui na la, eye nye dɔ me atrɔ ɖe ame si ŋu nye dɔ me atrɔ ɖo la.” Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.” Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la. Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?” Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?” Ɖe mɔɖeɖe meli be zemela natsɔ anyi ame ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe ame ze si ŋu bubu mele o la mahã? Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dome? Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me be, “Mayɔ ame siwo menye nye amewo o la be ‘nye amewo’; eye mayɔ ame siwo menye nye lɔlɔ̃tɔwo o la be ‘nye lɔlɔ̃tɔwo.’ Wogblɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu tsã be, “Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu gbagbe la ƒe viwo.” Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe. Elabena Aƒetɔ la atso nya me le anyigba la ŋuti, eye wòawu eƒe wɔnawo nu kaba le dzɔdzɔenyenye me.” Yesaya gagblɔ be: “Ne menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye susɔ dzidzime ʋɛ aɖewo ɖi o la, ne míetsrɔ̃ abe Sodom kple Gomora ene.” Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã. Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o. Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la. Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Zion. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi ase la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe. Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o. Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. Se la ƒe nuwuwue nye Kristo, be ame sia ame si xɔ edzi se la nakpɔ dzɔdzɔenyenye. Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso se la me la ŋuti be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.” Ke dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la gblɔ be, “Mègagblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae ayi dziƒo mahã?’ ” (Esia fia be woatsɔ Kristo ava anyigba dzi) “alo ‘Ame kae ayi tsiẽƒe mahã?’ ” (Esia fia be woana Kristo nagatsi tsitre tso ame kukuwo dome). Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la. Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.” Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa, elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.” Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?” Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana. Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee: “Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa, eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke. Megale biabiam ake be: Ɖe Israeltɔwo mese nya la gɔme oa? Mosee nye ame gbãtɔ gblɔ be, “Mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ si menye dukɔ o la ŋu; eye mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.” Ke Yesaya do dzi gblɔ bena, “Ame siwo medim o la kpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o la.” Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me. Mawu megbe eƒe ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la o. Mienya nya si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom la oa? Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.” Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!” Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋɛ aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o. Eya ta alea nya la lee nye esi: Israeltɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋɛ siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame susɔewo ƒe ŋkuwo gbã. Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.” David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo nazu mɔ aɖe wo alo woanye nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo. Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ, ale be womagate ŋu akpɔ nu o, eye agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.” Megale biabiam be: Ɖe Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Gbeɖe! Eƒe taɖodzinue nye be yeana ɖeɖekpɔkpɔ nasu ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si, bena Yudatɔwo naʋã ŋu wo. Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu. Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi be etsɔ dɔ vevie sia de asi nam ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo. Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexea me ƒe akpa bubuawo ŋu be woakpɔ ɖeɖe abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe. Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ. Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o. Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.” Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ. Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔ me, eye wògahea to na ame hãe. Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dɔ me ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔ se dzi. Ke ne míelɔ̃e o, eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi. Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, ame siwo nye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã, eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa? Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ. Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ava tso Zion, eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. Ɣe ma ɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe nye nubabla kpli wo ene.” Azɔ la, Yudatɔ geɖewo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia ɖe vi na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la ta. Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe. Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta, ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe. O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o! “Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae nya nu egbegbe be wòate ŋu azu eƒe adaŋudela alo mɔfiala?” “Ame kae tre nunana Mawu, be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?” Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la. Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu. Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia. Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ. Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie. Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe. Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃. Mide nu nyui dzi. Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo. Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo. Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo. Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta, eye nàyrae. Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la. Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o. Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me. Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene. Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la. Le hlɔ̃biabia teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta. Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò. Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la. Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi. Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la. Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la. Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” Lɔlɔ̃ nana womedaa vo ɖe amehavi ŋu o. Eya ta lɔlɔ̃ na ame havie nye sedziwɔwɔ. Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã. Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu, eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo. Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o. Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o. Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la. Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui. Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam. Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o. Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye. Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me. Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ” Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu. Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o. Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o. Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o. Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã. Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ. Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo. Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu. Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o. Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.” Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la. Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu. Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo. Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe ha la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu. Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu. Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.” Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, ame siwo menye Yudatɔwo o la, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, ame siwo nye Yudatɔwo la.” Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “Mikafu Aƒetɔ la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, mina ame sia ame nakafui.” Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Yese ƒe ke, ame si atsi tsitre be yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la ava; eyae ame siwo menye Yudatɔwo o la akpɔ mɔ na.” Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me. Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo, eye mienya nu siawo nyuie, ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu. Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene, to amenuveve si Mawu nam la me, be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu. Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu. Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe. Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke. Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la. Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu, eye woase egɔme.” Nu sia ta nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o ɖo. Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe. Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm. Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã, eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma la. Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la. Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo. Ne metsɔ ga sia na wo, eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim. Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi. Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye. Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la. Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me. Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hamea me la kafum na mi. Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye. Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo. Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu Kristotɔ le Asia. Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la nam. Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam. Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me. Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ Stakis nam. Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã. Mido gbe na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒe me la hã nam. Medo gbe na ƒonyemetɔ Herodion. Mido gbe na kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒe me. Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo. Mido gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la. Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene. Mido gbe na Asinkrito, Flego, Hermes, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le wo gbɔ la. Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo. Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Kristo ƒe hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã. Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o. Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu. Ke ame sia ame nya be miawo ya la, mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣe sia ɣi, eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me. Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi. Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi. Nye, Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene. Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe hã do gbe na mi. [ Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.] Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea. Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Fia Ahab ƒe ku megbe la, Moab dze aglã ɖe Israel ŋu. Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.” Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’ Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’ ” Ale Eliya yi. Esi ame dɔdɔawo trɔ va fia la gbɔ la, fia la bia wo be, “Nu ka ta mietrɔ gbɔ?” Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!” ’ ” Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?” Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.” Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!” Eɖo aʋakplɔla ɖeka kple asrafo blaatɔ̃ ɖa be woayi aɖalée vɛ. Wokpɔe wònɔ anyi ɖe togbɛ aɖe dzi. Aʋakplɔla la gblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la ɖe gbe be nàzɔ kpli mí ava ye gbɔ.” Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã. Ale fia la gaɖo aʋakplɔla bubu aɖe kple asrafo blaatɔ̃ bubu ɖa be woagblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la be nàva ye gbɔ fifi laa!” Eliya gblɔ na wo be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Ale Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia woawo hã. Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe. Kpɔ ɖa, dzo ge tso dziƒo hefia aʋakplɔla gbãtɔ eveawo kple woƒe amewo. Ke azɔ la, na nye agbe naxɔ asi le gbɔwò!” Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Eliya be, “Mègavɔ̃ o, Yi kpli wo.” Ale Eliya yi fia la gbɔ. Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!” Ale Ahazia ku abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to Eliya dzi la ene eye nɔvia Yehoram zu fia ɖe eteƒe elabena viŋutsu aɖeke menɔ esi aɖu fia ɖe eyome o. Nya sia dzɔ le Yuda fia Yehoram, Yehosafat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Woŋlɔ nu bubuwo tso Ahazia ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal. Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel. Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.” Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko. Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!” Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.” Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi. Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu. Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi. Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?” Elisa ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku tsɔ wò gbɔgbɔ la ƒe teƒe eve nam.” Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.” Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo. Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee. Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to. Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la. Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe. Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.” Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o. Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?” Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.” Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema. Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ ” Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene. Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.” Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve. Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ahab ƒe vi, Yehoram, dze eƒe fiaɖuɖu le Israel gɔme le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Eɖu fia ƒe wuieve le Samaria. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume ke menye abe fofoa kple dadaa ene o, elabena ewɔ nu nyui ɖeka: emu xɔ si fofoa tu na Baal la ƒu anyi. Ke egawɔ nu vɔ̃ si Yeroboam, Nebat ƒe vi wɔ elabena eya hã kplɔ Israelviwo de legbawo subɔsubɔ me. Moab fia, Mesa kple eƒe amewo nye alẽnyilawo. Woxea adzɔ na Israel kple alẽ akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu ƒe sia ƒe. Ke le Ahab ƒe ku megbe la, Moab fia dze aglã ɖe Israel ŋu. Ale Fia Yehoram dzo le Samaria yi ɖaƒo Israelʋakɔ nu ƒu. Eɖo du ɖe Yuda fia Yehosafat be, “Moab fia dze aglã ɖe ŋunye; àte ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ aʋa kpliia?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Makpe ɖe ŋuwò. Nye amewo kple nye sɔwo le asiwò me.” “Mɔ ka míato hafi adze wo dzi?” Yehoram ɖo eŋu be, “Míadze wo dzi tso Edom gbegbe.” Ale Israel, Yuda kple Edom fiawo kplɔ woƒe aʋakɔwo to mɔ gɔdɔ̃ aɖe to gbegbe la ŋkeke adre, ke tsi menɔ anyi na ameawo kple woƒe lãwo o. Israel fia do ɣli be, “Oo, nu ka míawɔ? Yehowa kplɔ mí va afi sia be yeana Moab fia naɖu mía dzi!” Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!” Yehosafat gblɔ be, “Ahã, eyae nye ame si tututu dim míele; Yehowa ƒe nya le esi.” Ale Israel kple Yuda kple Edom ƒe fiawo yi ɖabia gbe Elisa. Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!” Elisa gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nenye ɖe nyemede bubu Yuda fia Yehosafat ƒe afi sia nɔnɔ ŋu o la, anye ne nyemanye kɔ akpɔ wò gɔ̃ hã o. Ke azɔ la, mikplɔ kasaŋkuƒola aɖe vɛ nam.” Esi kasaŋkuƒola la nɔ kasaŋkua ƒom la, Yehowa ƒe ŋusẽ va Elisa dzi eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miɖe ʋewo ɖe bali sia me’, elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miakpɔ yaƒoƒo loo alo tsidzadza o, gake tsi ayɔ bali sia me si wò kple wò nyiwo kple wò lãha bubuawo miano.’ Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò. Miagbã du sesẽ ɖe sia ɖe kple du gã ɖe sia ɖe aƒu anyi. Nenema ke mialã ati nyui ɖe sia ɖe aƒu anyi, miatɔ te tɔsisi ɖe sia ɖe ƒe sisi eye miatsɔ kpewo agblẽ agbledenyigba nyuiwo katã.” Esi ŋu ke, le ŋdivɔsaɣi la, tsie nye ekem le dodom bababa tso Edom lɔƒo! Tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi. Azɔ la Moabtɔwo katã se be fiawo va aʋa wɔ ge kple yewo eya ta woyɔ ŋutsu ɖe sia ɖe, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa, ame sia ame si ate ŋu awɔ aʋa ko eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe woƒe liƒo dzi. Esi wofɔ ŋdi kanya la, ɣe nɔ keklẽm ɖe tsia dzi eye hena Moabtɔ siwo nɔ tɔa godo la, wokpɔ tsi la wòbiã dzẽ abe ʋu ene. Tete wogblɔ be, “Ʋue nye ekem! Fia mawo anya wɔ aʋa, wu wo nɔewo. Azɔ la Moab, miva miaɖaha woƒe nuwo!” Ke esi woɖo Israelviwo ƒe asaɖa me la, Israelviwo ƒe aʋawɔlawo lũ ɖe wo dzi eye wode asi Moabtɔwo wuwu me, ale Moabtɔwo si. Israelviwo ge ɖe Moabnyigba dzi eye woyi wo wuwu dzi le afi ma. Wogbã duwo, lɔ kpe kɔ ɖe anyigba nyui ɖe sia ɖe dzi, xe tsidzɔƒewo eye wolã kutsetsetiwo ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Hareset mɔ koe susɔ, ke akafodalawo ɖe to ɖe eya hã eye woxɔe. Esi Moab fia kpɔ be woɖu ye dzi la, ekplɔ yidala alafa adre be yewoadze agbagba mamlɛtɔ ayi aɖalé Edom fia. Ke esia hã medze edzi o. Azɔ la Moab fia lé Via ŋutsu tsitsitɔ si aɖu fia ɖe eteƒe la, wui eye wòtsɔe sa numevɔe ɖe gli la dzi. Nuwɔna sia na Moabtɔwo ƒe mo nyra ɖe Israelviwo ŋuti, ale Israel ƒe aʋawɔlawo trɔ dzo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.” Elisa biae be, “Nu ka mawɔ akpe ɖe ŋutiwò? Nuɖuɖu ƒe agbɔsɔsɔ kae le asiwò le wò aƒe me?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nuɖuɖu aɖeke mele asinye wu ami atukpa ɖeka o.” Elisa gblɔ na nyɔnu la be, “Enyo, yi nàɣe ze kple gagba aɖewo tso xɔ̃wòwo kple wò aƒelikawo gbɔ. Mi kple viwòwo miyi miaƒe xɔ me, eye miatu ʋɔa. Esia megbe la, trɔ ami si le wò atukpa la me la ɖe zeawo kple gagbaawo me. Tsɔ ɖe sia ɖe si yɔ la da ɖe axadzi!” Nyɔnu la wɔ nu si nyagblɔɖila la ɖo nɛ. Via ŋutsuwo tsɔ ze kple gagbawo siwo woɣe la vɛ nɛ eye wòtrɔ ami la ɖe wo me. Sẽe ko la, zeawo kple gagbaawo katã yɔ banabana! Nyɔnu la gblɔ na via ŋutsuawo be, “Migatsɔ ze bubu vɛ.” Woɖo eŋu nɛ be, “Ze aɖeke megali o!” Ale ami la dzudzɔ dodo le atukpa la me. Nyɔnu la yi ɖagblɔ nya la na Mawu ƒe Ame la eye wòɖo eŋu nɛ be, “Yi nàdzra ami la eye nàxe fe siwo nènyi. Ga si atsi anyi la, agasusɔ na wò kple viwòwo dzi kpɔkpɔ!” Gbe ɖeka la, Elisa yi Sunem eye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe nɔ afi ma ame si ƒoe ɖe enu be wòatsi ye gbɔ aɖu nu. Ale ne egava to mɔ ma yina la, etɔna ɖe afi ma be yeaɖu nu. Nyɔnu la gblɔ na srɔ̃a be, “Menya be ŋutsu sia, si va toa míaƒe mɔ dzi le afi sia edziedzi la nye Mawu ƒe ame kɔkɔe. Na míawɔ xɔ sue aɖe ɖe míaƒe xɔtame nɛ eye míatsɔ aba, kplɔ̃ kple zikpui kple akaɖi ada ɖe eme nɛ. Ekema ava tsi afi ma ɣe sia ɣi si wòava adze mía gbɔ.” Gbe ɖeka esi Elisa gava la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe xɔ me. Egblɔ na eƒe subɔla, Gehazi be, “Yɔ Sunami nyɔnu la nam.” Gehazi yi ɖayɔe eye wòva tsi tsitre ɖe Elisa ŋkume. Elisa gblɔ na Gehazi be, “Gblɔ na nyɔnu la be ‘Èkpe fu siawo katã ɖe mía ta. Azɔ la, nu kae woawɔ na wò? Míƒo nu ɖe nuwò le fia la ŋkume loo alo aʋafia la ŋkumea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Aƒe le asinye le nye ŋutɔ nye amewo dome.” Elisa bia Gehazi emegbe be, “Nu ka míawɔ nɛ?” Gehazi ɖo eŋu be, “Viŋutsu mele esi o, evɔ srɔ̃a nye amegãɖeɖi!” Elisa gblɔ be, “Yɔe ɖa.” Eyi ɖayɔe eye nyɔnu la va tsi tsitre ɖe xɔa ƒe mɔnu. Elisa gblɔ nɛ be, “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi tututu la, àlé viŋutsuvi ɖe wò abɔwo me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, mègable wò dɔla o, O Mawu ƒe ame.” Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene. Ɖevi la tsi eye gbe ɖeka la, edo go yi fofoa gbɔ, ame si nɔ nukuxalawo gbɔ. Ɖevi la gblɔ na fofoa be, “Nye ta! Nye ta!” Fofoa gblɔ na dɔla ɖeka be, “Kɔe yi na dadaa.” Esi dɔla la kɔe yi na dadaa la, ɖevi la nɔ akɔ nɛ va se ɖe ŋdɔ me eye ɖevi la ku. Nyɔnu la yi dziƒoxɔ la dzi hetsɔ ɖevi kuku la mlɔ Mawu ƒe ame la ƒe aba dzi, tu ʋɔa eye wòdo go. Eyɔ srɔ̃a eye wògblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku, yi nàɖo wò dɔlawo dometɔ ɖeka kple tedzi ɖem ale be mate ŋu ayi Mawu ƒe ame la gbɔ kaba, atrɔ agbɔ.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nàyi egbɔ egbe? Egbe menye Dzinu Yeye alo Dzudzɔgbe ŋkeke o.” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Anyo ne mayi.” Ebla akpa na tedzi la eye wògblɔ na eƒe dɔla la be, “Doe sesĩe, mègadoe ɖɔɖɔɖɔ nam o, negbe megblɔe na wo hafi.” Ale wodze mɔ heva Mawu ƒe ame la gbɔ le Karmel to dzi. Esi Mawu ƒe ame la kpɔe ɖaa le adzɔge la, egblɔ na eƒe dɔla Gehazi be, “Kpɔ ɖa, Sunami nyɔnu lae nye ekem. Ƒu du nàyi ɖakpee, nàbiae be, ‘Mi katã miedɔ nyuiea? Srɔ̃wò fɔ sesĩea? Viwò la fɔ nyuiea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nu sia nu le nyuie.” Esi wòɖo Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, edze klo lé eƒe afɔ. Gehazi va be yeatutui ɖa gake Mawu ƒe ame la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu! Ele xaxa gã aɖe me gake Yehowa ɣlae ɖem eye megblɔ nu si tae la nam o.” Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, ɖe mebia viŋutsu wòa? Nyemegblɔ na wò be, ‘Mègaflum o’ mahã.” Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.” Vinɔ la gblɔ be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemayi aƒe me o negbe ɖeko nàyi kplim hafi!” Ale Elisa tso hedze nyɔnu la yome. Gehazi do ŋgɔ na wo ɖatsɔ atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo, ke nya aɖeke medzɔ o. Agbe ƒe dzesi aɖeke menɔ ɖevi la me o. Ale Gehazi trɔ ɖatu Elisa eye wògblɔ nɛ be, “Ɖevi la menyɔ o.” Esi Elisa ɖo aƒea me la, ɖevi kuku lae nye ekem wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi. Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Esia megbe la, ede abati la dzi mlɔ ɖevi kuku la dzi, tsɔ eƒe nu ɖo ɖevi la ƒe nu dzi, eƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo dzi eye wòdrã ɖe ɖevi la dzi, kasia ɖevi la ƒe lãme de asi dzoxɔxɔ me! Elisa fɔ tso abati la dzi eye wòɖi tsa sẽe le xɔa me. Egatrɔ de abati la dzi eye wògadrã ɖe ɖevi la dzi. Azɔ la, ɖevi la nye zi adre eye wòʋu eƒe ŋkuwo! Elisa yɔ Gehazi eye wògblɔ nɛ be, “Yɔ Sunami nyɔnu la vɛ.” Eyi ɖayɔe. Esi nyɔnu la va la, egblɔ nɛ be, “Xɔ viwò ŋutsuvi la.” Nyɔnu la va, dze klo ɖe eƒe afɔ nu eye wòde ta agu nɛ. Tete wòxɔ ɖevi la eye wòdo go. Elisa trɔ azɔ yi Gilgal, afi si dɔwuame gã aɖe nɔ. Gbe ɖeka esi wònɔ nu fiam nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na Gehazi be wòawɔ atadi na nusrɔ̃lawo ƒe fiẽnuɖuɖu. Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yi gbe me be yeadi amagbe aɖe vɛ. Egbɔ kple amagbe aɖewo siwo treklɔnuwo le wo ŋu, tsɔ wo ɖo dzo dzi, ke menya be aɖi le wo me o. Esi ameawo de asi nua ɖuɖu me ko la, wodo ɣli be, “Oo, Mawu ƒe ame, aɖi le nuɖuɖu la me!” Elisa na woku blimɔ aɖe vɛ nɛ. Etsɔe da ɖe ze la me eye wògblɔ na wo be, “Enyo azɔ; aɖi la vɔ le eme, miyi eɖuɖu dzi.” Woɖui eye naneke mewɔ wo o. Gbe ɖeka la, ame aɖe si tso Baal Salisa la va na bli mumu kotoku ɖeka kple abolo blaeve siwo wowɔ kple lu yeye tso eƒe nuŋeŋe gbãtɔ me Mawu ƒe ame la. Elisa gblɔ na Gehazi be wòatsɔ wo ana nusrɔ̃lawo woaɖu. Gehazi bia be, “Nuɖuɖu sue sia ade na ame alafa ɖeka siawoa?” Ke Elisa gblɔ be, “Tsɔe na wo ko elabena Yehowa gblɔ be nuɖuɖu la asu ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã agatsi anyi!” Nuɖuɖua su ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã gatsi anyi abe ale si Yehowa gblɔ ene!
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém. Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla. Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.” Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la nɛ. Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo. Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye: “Mele agbalẽ sia ɖom ɖe wò to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.” Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!” Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.” Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu. Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.” Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, “Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ dɔ nye anyidɔ la hafi. Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku. Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ” Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene. Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.” Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o. Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko. Ke Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ɖeka ko ta be ne nye aƒetɔ yi Rimon ƒe gbedoxɔ me be wòade ta agu eye wòziɔ ɖe nye abɔ ŋuti eye nye hã mede ta agu, le Rimon ƒe gbedoxɔa me la, Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ta.” Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de. Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.” Ale Gehazi ɖe abla kplɔ Naaman ɖo. Esi Naaman kpɔe wònɔ du dzi gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam me be yeado goe. Ebia be, “Nu sia nu le nyuiea?” Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’ ” Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe. Ke esi wogogo to si dzi Elisa nɔ la, Gehazi xɔ nuawo le subɔla eveawo si eye wòna wotrɔ dzo. Etsɔ ga la ɣla ɖe eƒe aƒe me. Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.” Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa? Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka la, nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gblɔ na Elisa be, “Kpɔ ɖa, teƒe si míewɔa takpekpe kpli wò le la le sue na mí akpa. Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.” Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.” Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!” Ke eyi kpli wo. Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me. Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!” Nyagblɔɖila la biae be, “Afi ka fia la ge ɖo?” Nusrɔ̃la la fia teƒe lae. Elisa lã ati aɖe da ɖe teƒea le tsia me eye fia la ho ɖe tsi la ŋgɔ enumake! Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée. Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo. Elisa gblɔ na Israel fia enumake be, “Mègate ɖe teƒe sia ŋu o, elabena Siriatɔwo ɖo be yewoaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma!” Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti. Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?” Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!” Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!” Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la. Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?” Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!” Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi. Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema. Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria! Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me! Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?” Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.” Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o. Ke emegbe la, Siria fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòɖe to ɖe Samaria. Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃. Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!” Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o. Gbã la, nya kae dzɔ?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu. Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!” Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te. Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.” Elisa nɔ takpekpe me kple Israel ƒe ametsitsiwo le eƒe aƒe me. Fia la ɖo ame ɖa be woakplɔe vɛ. Ke hafi ame dɔdɔ la nava ɖo la, Elisa gblɔ na ametsitsiawo be, “Amewula sia ɖo ame aɖe ɖa be wòawum. Ne ame dɔdɔ la va ɖo la, mitu ʋɔa ɖe enu wòatsi ʋɔa godo elabena eƒe aƒetɔ akplɔe ɖo enumake.” Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Elisa gblɔ be, “Mise Yehowa ƒe gbe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.’ ” Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?” Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.” Anyidzela ene aɖewo nɔ anyi ɖe dua ƒe agbowo godo. Wobia wo nɔewo be, “Nu ka ta míanɔ anyi ɖe afi sia va se ɖe esime míaku? Ne míegblɔ be, ‘Míayi dua me’ la, dɔwuame le afi ma ana míaku, ke ne míetsi afi sia hã la, míaku eya ta mina míayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me eye míatsɔ mía ɖokuiwo ade asi na wo. Ne wokpɔ nublanui na mí la, míanɔ agbe, ke ne wowu mí la, ɖe míekue nye ema.” Esi fiẽ ɖo la, wotsi tsitre heyi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Esi woɖo asaɖa la ƒe gbɔto la, womekpɔ ame aɖeke le afi ma o elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!” Ale wotsi tsitre hesi, esi anyigba de asi tsyɔtsyɔ̃ me eye wogblẽ woƒe agbadɔwo kple sɔwo kple tedziwo ɖi. Ale wogblẽ asaɖa la ɖi nenema eye wosi dzo be woaɖe yewoƒe agbe. Anyidzelawo ɖo asaɖa la ƒe mɔnu eye woge ɖe agbadɔwo dometɔ ɖeka me. Woɖu nu, no nu, lɔ klosalo, sika kple awuwo eye woyi ɖaɣla wo. Wotrɔ gbɔ hege ɖe agbadɔ bubu me, fɔ nanewo hã le afi ma eye woyi ɖaɣla woawo hã. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Menye nu nyuitɔe nye esi wɔm míele o. Egbee nye nya nyui segbe eye míawo ɖeɖe gbɔ ko wòtsi. Ne míelala va se ɖe esime ŋu ke la, tohehe ava mía dzi eya ta mina míayi zi ɖeka aɖaka nya sia ta na fiasãmetɔwo.” Ale wotrɔ yi dua me ɖagblɔ nya si dzɔ la na agbonudzɔlawo be, “Míede Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ƒe asaɖa me, eye ame aɖeke menɔ afi ma o! Wode ka woƒe sɔwo kple tedziwo, nu sia nu nɔ eteƒe le asaɖa la me gake ame aɖeke kura menɔ asaɖa la me o.” Ale agbonudzɔlawo do ɣli gblɔ nya la na ame siwo nɔ fiasã la me. Fia la fɔ eye wògblɔ na aʋakplɔlawo be, “Menya nu si dzɔ, Siriatɔwo nya be dɔ to le míaƒe anyigba dzi, ale wodzo le woƒe asaɖa la me ɖabe ɖe gbedzi be yewoable mí míado le dua me, ekema yewoadze mía dzi, aɖe aboyo mí eye yewoage ɖe dua me.” Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Anyo be míaɖo ŋkutsalawo ɖa woayi aɖakpɔ afi ma ɖa. Mina woatsɔ sɔ siwo susɔ ɖe dua me la dometɔ atɔ̃, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; esia ta na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.” Wodi tasiaɖamŋusɔ ene eye fia la ɖo tasiaɖamŋusɔdola eve ɖa be woakpɔ afi si Siriatɔwo yi. Wodze awu kple nu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe ɖi le esime wonɔ sisim la yome va se ɖe esime wova ɖo Yɔdan tɔsisi la nu. Ale ame eve siawo trɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na fia la. Tete ameawo do go le Samaria dua me yi ɖaha nuwo le Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Ale wɔ gram wuieve xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Yehowa ƒe nya nu. Fia la tɔ asi dumegã si ƒe abɔ ŋu wòziɔ ɖo la dzi be wòakpɔ amewo ƒe gododo kple emevava dzi le agboa nu. Ke wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi wòku esime ameawo nɔ dodom gidigidi tso dua me. Nu sia tututue Elisa gblɔ da ɖi le ŋkeke si do ŋgɔ na gbe ma gbe la dzi, esime fia la va be yealée. Ale wòva va eme abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔe na fia la ene be, “Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.” Fiaŋume la gblɔ be, “Ne Yehowa ŋɔ do ɖe dziƒo ŋu gɔ̃ hã la, nu sia mate ŋu ava eme o!” Eye nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Àkpɔe, wòava eme nenema, ke màɖu ɖeke o.” Nyateƒe, mete ŋu ɖu ɖeke o elabena wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi, wòku le agboa nu!
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.” Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre. Esi dɔwuame la nu tso la, nyɔnu la gatrɔ va Israelnyigba dzi eye wòva kpɔ fia la be wòagbugbɔ yeƒe aƒe kple anyigba na ye. Fia la nɔ nu ƒom kple Gehazi, Elisa ƒe subɔla, esime nyɔnu la do ɖe fia la ŋkume. Fia la nɔ gbɔgblɔm na Gehazi be, “Gblɔ nya aɖewo nam tso nu gã siwo Elisa wɔ la ŋu.” Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!” Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu. Le esia megbe la, Elisa yi Damasko, Siria ƒe fiadu me esime Siria fia, Ben Hadad nɔ dɔ lém le afi ma. Ame aɖe gblɔ na fia la be nyagblɔɖila la va. Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!” Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me. Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?” Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!” Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.” Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.” Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe. Fia Yoram, Yuda fia Yehosafat ƒe vi dze eƒe fiaɖuɖu gɔme le Israel fia, Yehoram, Fia Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me. Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o. Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe. Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu. Woŋlɔ Fia Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Eku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me. Ke Ahazia si nye Via ŋutsuvi ɖu fia ɖe eteƒe. Yoram ƒe vi, Ahazia zu fia yeye la le Israel fia Yehoram, Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me. Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe ale si Fia Ahab ƒe dzidzimeviwo katã nɔ ene elabena edo ƒome kple Fia Ahab to srɔ̃ɖeɖe me. Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nyagblɔɖila Elisa yɔ nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Tsɔ alidziblaka bla wò awu ʋlaya dzi, tsɔ amigoe sia ɖe asi eye nàyi Ramot Gilead. Ne èɖo afi ma la, di Yehu, Yehosafat ƒe vi, Nimsi ƒe vi, yi ɖe egbɔ nàkplɔe dzoe le nɔviawo dome eye nàkplɔe age ɖe xɔ gã mee. Ekema tsɔ amigoe la eye nàkɔ ami la ɖe eƒe tame agblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mesi ami na wò, ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.’ Ekema nàʋu ʋɔa eye nàlé du atsɔ, mègatɔ o!” Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la la wɔ nu si wògblɔ nɛ. Esi wòva ɖo Ramot Gilead la, ekpɔ Yehu wònɔ anyi ɖe ehati asrafomegãwo dome. Egblɔ nɛ be, “Nya aɖe le asinye na wò.” Yehu biae be, “Na mía dometɔ ka?” Nusrɔ̃la la ɖo eŋu be, “Na wò, Yehu.” Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu. Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo eye nàbia nye nyagblɔɖilawo kple ame siwo Yezebel wu la ƒe hlɔ̃. Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’ Matsrɔ̃ Ahab ƒe ƒome la abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam, Nebat ƒe vi kple Baasa, Ahiya ƒe vi ƒe ƒomewo ene. Avuwo aɖu Ahab srɔ̃, Yezebel le Yezreel eye ame aɖeke maɖii o!” Esia megbe la, nusrɔ̃la la ʋu ʋɔa eye wòsi dzo. Yehu trɔ yi xɔlɔ̃awo gbɔ eye wo dometɔ ɖeka biae be, “Nu ka dim aɖaʋatɔ ma le? Nya kae dzɔ?” Yehu ɖo eŋu be, “Mienya ame si wònye kple nu si dim wòle la nyuie.” Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.” “Egblɔ nya si nusrɔ̃la la gblɔ nɛ la na wo eye wòna wonya be woɖo ye fiae ɖe Israel nu!” Enumake wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe atrakpuiawo dzi, woku kpẽ eye wodo ɣli be, “Yehu zu fia!” Aleae Yehu, Yehosafat ƒe vi kple Nimsi ƒe tɔgbuiyɔvi dze aglãe ɖe fia Yoram ŋu. (Ke Yoram kple Israel blibo la nɔ ŋudzɔ na Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.” Yehu ge ɖe tasiaɖam me enumake eye eya ŋutɔ yi Yezreel be yeaɖadi Fia Yoram, ame si xɔ abi eye wòmlɔ afi ma. Yuda fia Ahazia hã va afi ma be yeakpɔ Fia Yoram ɖa. Dzɔla si nɔ Fia Yehoram ƒe gbetakpɔxɔ dzi la kpɔ Yehu kple eƒe amewo gbɔna ɖa eye wòdo ɣli be, “Ame aɖe gbɔna!” Fia Yehoram ɖe gbe be, “Dɔ sɔdola aɖe ɖa wòakpɔe ɖa be xɔlɔ̃e loo alo futɔe hã.” Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?” Yehu ɖo eŋu be, “Nu ka nènya tso ŋutifafa ŋu? Dze yonyeme.” Dzɔla la do ɣli gblɔ na fia la be ame dɔdɔ la yi ɖakpee gake mele gbɔgbɔm o. Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’ ” Yehu ɖo eŋu be, “Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Va, dze yonyeme!” Dzɔla la gado ɣli be, “Eya hã mele gbɔgbɔm o! Yehu kokoko wòanye elabena eƒe tasiaɖam le du ƒum sesĩe.” Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me. Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?” Yehu ɖo eŋu be, “Zi ale si dawò Yezebel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple adzewɔwɔ gale mía dome kokoko la, aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi?” Fia Yoram trɔ eƒe tasiaɖam la kaba eye wòsi dzo yina. Edo ɣli gblɔ na Fia Ahazia be, “Ahazia, nugbeɖoɖoe!” Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku. Yehu gblɔ na Bidkar, ame si nye eƒe tasiaɖamkula gã be, “Kɔe eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabɔt ƒe agble me. Ɖo ŋku ale si nye kpli wò míenɔ tasiaɖamwo me nɔ fofoa Ahab megbe esi Yehowa ƒe nyagblɔɖi sia va ku ɖe eŋuti be, ‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.” Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo. Eƒe dɔlawo kɔe de tasiaɖam me yi Yerusalem eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe eƒe yɔdo me le David ƒe du la me. Ahazia ƒe fiaɖuɖu ɖe Yuda dzi dze egɔme le Ahab ƒe vi Yoram ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Esi Yezebel se be Yehu va Yezreel la, ede ama eƒe aɖaba, dzra eƒe taɖa ɖo nyuie eye wòtsi tsitre ɖe fiasã la ƒe fesre ɖeka to hele mɔtata la dzi kpɔm. Esi Yehu ge ɖe fiasã la me la, Yezebel do ɣli ɖe eta gblɔ be, “Wò, Zimri, wò amewula, nu ka dim nèle le afi sia?” Yehu fɔ kɔ dzi, kpɔ Yezebel le fesre la nu eye wòdo ɣli bia be, “Ame kawoe le dzinye?” Ŋutsu tata eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre la nu kpɔe ɖo ɖa. Yehu gblɔ na wo be, “Midae ɖo ɖe anyigba!” Ale woda Yezebel to fesre la to wòge va dze anyigba. Eƒe ʋu hlẽ ɖe gli la kple sɔwo ŋu, Yehu do eƒe tasiaɖam kple sɔwo, zɔ eƒe ŋutilã kukua dzi. Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.” Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ. Esi wotrɔ gbɔ va gblɔ nu siwo wokpɔ na Yehu la, egblɔ be, “Nu si tututu Yehowa gblɔ lae va eme! Egblɔ na Nyagblɔɖila Eliya be avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel eye eƒe ŋutilã akaka ɖe anyigba abe ale si wokakaa aɖu ɖe agble me ene, ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Yezebel ƒe ŋutilãe nye esia o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, viŋutsu blaadre nɔ Ahab ƒe aƒe me le Samaria. Ale Yehu ŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Samaria na dumegã siwo nɔ Yezreel kple dumemetsitsiwo kple Ahab ƒe viwo dzikpɔlawo. Eŋlɔ ɖe wo me be, “Ne agbalẽ sia ka mia si ko la, zi ale si miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo le mia gbɔ eye tasiaɖamwo kple sɔwo kple du si woɖo gli ƒo xlãe kple aʋawɔnuwo le mia si la, mitia miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo dometɔ nyuitɔ kple esi dzi mieka ɖo wu la miatsɔe aɖo fofoa ƒe fiazikpui dzi. Ekema miaʋli miaƒe aƒetɔ ƒe aƒe ta.” Ke vɔvɔ̃ ɖo ameawo akpa na nu sia wɔwɔ eye wogblɔ be, “Fia eve mete ŋu nɔ te ɖe Yehu nu o, nu ka míawo míate ŋu awɔ?” Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.” Yehu ɖo eŋu ɖo ɖe wo be, “Ne miele dzinye eye miele nye ɖoɖowo dzi wɔ ge la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ Ahab ƒe viŋutsuwo ƒe tawo vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣe aleawo ɣi.” Ahab ƒe viŋutsu blaadre siawo nɔ amegãwo ƒe aƒewo me le dua me, afi si wonyi wo le tso woƒe ɖevime ke. Esi woxɔ agbalẽa la, wowu wo ame blaadreawo katã eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me heyi na Fia Yehu le Yezreel. Dɔla aɖe gblɔ na Yehu be, “Ahab ƒe viwo ƒe tawo va ɖo.” Yehu ɖe gbe be, “Mili kɔ wo ɖe teƒe eve ɖe dua ƒe agbo nu; woanɔ afi ma va se ɖe ŋufɔke.” Esi ŋu ke la, Yehu do go. Etsi tsitre ɖe ameawo katã ŋkume hegblɔ be, “Mia tɔ dzɔ. Nyee ɖo nugbe ɖe nye aƒetɔ ŋu eye mewui, ke ame kae wu ame siawo katã? Ekema minyae be, nya ɖeka pɛ hã mado le nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la me o. Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo to eƒe dɔla Eliya dzi.” Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o. Azɔ la, Yehu dze mɔ yina Samaria. Esi wòɖo Bet Eked afi si alẽkplɔlawo nɔna la, edo go Yuda fia, Ahazia nɔviŋutsuwo le afi ma eye wòbia wo be, “Ame kawoe mienye?” Woɖo eŋu be, “Fia Ahazia ƒe ƒometɔwo míenye, míeyina Samaria be míakpɔ Fia Ahab kple fiasrɔ̃ Yezebel ƒe viwo ɖa.” Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ. Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me. Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo. Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Ahab xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma abe ale si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la ene. Yehu ƒo ƒu ameawo katã nu eye wògblɔ na wo be, “Ahab subɔ Baal vie ko. Yehu asubɔe ŋutɔ. Azɔ la, miyɔ Baal ƒe Nyagblɔɖilawo, nunɔlawo kple eƒe subɔlawo katã. Mikpɔ egbɔ be, ame sia ame va elabena mele vɔsa gã aɖe wɔ ge na Baal. Ame sia ame si agbe vava la, maganɔ agbe o.” Ke Yehu ɖe wòle ameawo blem ale be yeate ŋu atsrɔ̃ Baal ƒe nunɔlawo. Yehu gblɔ be, “Miƒo ƒu ameawo nu hena bubudede Baal ŋu.” Ale woɖe gbeƒã kpekpe sia. Yehu gaɖo amewo ɖe Israelnyigba dzi eye Baal nunɔlawo katã va; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe vava o. Womimi wo ɖokuiwo ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me woyɔ gbedoxɔ la ƒe afi sia afi kpikpikpi. Yehu gblɔ na ame si kpɔa awu kɔkɔeawo dzi la be, “Kpɔ egbɔ be èhe awu kɔkɔeawo ɖe go na Baal nunɔlawo.” Ale wòhe awuawo ɖe go na wo. Azɔ la, Yehu kple Yehonadab, Rekab ƒe vi yi Baal ƒe gbedoxɔ la me eye wogblɔ na Baal nunɔlawo be, “Mikpɔ egbɔ be ame siwo subɔa Baal koe le afi sia. Migana ame siwo subɔa Yehowa la dometɔ aɖeke nage ɖe xɔa me o!” Esi Baal nunɔlawo de asi akpedavɔwo kple numevɔwo sasa me la, Yehu na eƒe ame blaenyi ɖe to ɖe gbedoxɔ la. Egblɔ na wo be, “Ne mieɖe mɔ ame aɖe si la, miaku ɖe sisila la teƒe.” Esi Yehu wu akpedavɔsa kple numevɔsa la nu la, edo go ɖagblɔ na eƒe ameawo be, “Miyi gbedoxɔ la me eye miawu ameawo katã. Migana wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã nasi adzo o!” Ale wowu ameawo katã eye wohe woƒe kukuawo yi gota. Yehu ƒe amewo ge ɖe gbedoxɔ emetɔ me. Wohe sɔti si ŋu dɔ wowɔna le Baal subɔsubɔ me la do goe eye wotɔ dzoe. Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe. Ale Yehu ɖe Baal subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le Israelnyigba dzi. Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me. Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.” Ke Yehu medze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome kple eƒe dzi blibo o, elabena meɖe asi le Yeroboam ƒe nu vɔ̃ siwo he Israel de nu vɔ̃ me la ŋuti o. Le ŋkeke mawo me la, Yehowa ɖiɖi Israel ƒe agbɔsɔsɔ. Hazael ɖu Israelviwo dzi le nuto me blibo la me, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me. Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehu ku la, woɖii ɖe Samaria. Via Yehoahaz ɖu fia ɖe eteƒe. Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaeve-vɔ-enyi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o. Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum. Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo eye wòde se na wo gblɔ bena, “Nu si miawɔ lae nye esi: Mi ame siwo wɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la ƒe akpa etɔ̃lia ɖeka adzɔ fiasã la ŋu. Akpa etɔ̃awo dometɔ ɖeka nanɔ Sur gbo la ŋu dzɔm eye akpa mamlɛa nanɔ agbo si le gbedoxɔ ƒe agbo si le ame si dzɔa gbedoxɔ la ŋu la megbe. Mi ame siwo le akpa eve bubuawo me la, ame siwo mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi o la, miawo midzɔ gbedoxɔ la ŋu na fia la. Miɖe to ɖe fia la, eye ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Woawu ame sia ame si adi be yeadze mi. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli.” Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada. Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo. Dzɔla ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, ame si te ɖe vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe. Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!” Esi Atalia se ame siwo le gbedoxɔa ŋu dzɔm kple ameawo ƒe ɣli la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” Nunɔla Yehoiada de se na ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma. Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome. Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi le afi ma. Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yehu ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Yoas zu Yuda fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaene. Dadae nye Zibia tso Beerseba. Ewɔ nu dzɔdzɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me elabena nunɔlagã Yehoiada fia afɔɖoƒee. Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me. Mina nunɔla ɖe sia ɖe naxɔ ga la tso gadzikpɔla ɖeka si eye miawɔ eŋu dɔ adzra nu sia nu si miekpɔ be egblẽ le gbedoxɔa me la ɖo.” Ke le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, nunɔlawo medzra gbedoxɔ la ɖo o. Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.” Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme. Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo, gliɖolawo kple kpekpalawo. Woƒle ati kple kpe kpakpawo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzra ɖo eye woxe fe bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbedoxɔ la dzadzraɖo ŋu. Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o. Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo. Womebia tso dɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta na ame aɖeke o elabena wonye nuteƒewɔlawo. Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o. Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi. Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o. Woŋlɔ Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi. Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu. Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe. Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene. Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria. Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene. Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe. Yehoas zu fia le Yuda fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, eye wònɔ zi dzi ƒe wuiade le Samaria. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me. Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe. Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!” Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ. Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi. Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.” Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ. Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!” Elisa ku eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo. Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre. Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me. Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko. Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe. Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Israel fia, Yehoas, Yehoahaz ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Amazia, Yoas ƒe vi zu fia le Yuda. Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem. Amazia wɔ nu si dze Yehowa ŋu. Togbɔ be mede tɔgbuia David nu o hã la, enye fia nyui aɖe abe fofoa Yoas ene. Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Esi Amazia kpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe ale si Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa me ene bena, “Womawu fofowo ɖe viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.” Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe. Gbe ɖeka la, Yuda fia, Amazia ɖo du ɖe Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la, be ne enye ŋutsu la, wòakplɔ eƒe aʋakɔ vɛ yewoawɔ aʋa. Fia Yehoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180). Fia Yehoas lɔ sika kple klosalo kple sikakplu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔa me kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo katã hekpe ɖe awɔbamewo ŋu eye wògbugbɔ yi Samaria. Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Yehoas ƒe fiaɖuɖu kple eƒe aʋawɔwɔ kple Yuda fia Amazia ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehoas ku la, woɖii ɖe Samaria le Israel fia bubuwo gbɔ eye via Yeroboam ɖu fia ɖe eteƒe. Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko. Le fofoa ƒe ku megbe la, etu Elat eye wòxɔe na Yuda. Azɔ la, Yeroboam Evelia zu Israel fia le Yuda fia Amazia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me la ene. Yeroboam Evelia gbugbɔ Israel ƒe anyigba xɔ tso Lebo Hamat va se ɖe Araba ƒu la nu abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe do ŋgɔ to Yona, Amitai ƒe vi, ame si nye Nyagblɔɖila tso Gat Hefer dzi la ene. Nu sia va eme elabena Yehowa kpɔ xaxa gã si me Israel ɖo; kluviwo kple dzɔleaƒeawo siaa le fu kpem, evɔ xɔnametɔ aɖeke menɔ wo si o la dzi ɖa. Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel. Woŋlɔ Fia Yeroboam Evelia ŋutinya, nu siwo katã wòwɔ, ŋusẽ gã si wòkpɔ, eƒe aʋawɔwɔwo kple ale si wògbugbɔ Damasko kple Hamat, du siwo Yuda xɔ le Israel si la, xɔ la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yeroboam Evelia ku la, woɖii ɖe Israel Fia bubuwo gbɔ eye via Zekaria zu Israel Fia yeye la.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yeroboam Evelia, Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Azaria, Yuda fia Amazia ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. Exɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene gake, Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene. Woŋlɔ Fia Azaria ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Azaria ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me eye via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe. Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me. Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene. Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe. Woŋlɔ Zekaria ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme. Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe. Woŋlɔ nya bubuwo tso Fia Salum kple eƒe nugbeɖoɖowo ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu. Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. Menahem nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam Gbãtɔ wɔ xoxoxo la ene eye wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si. Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi. Woŋlɔ Fia Menahem ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe. Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme. Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi. Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la. Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda. Peka hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume; eya hã wɔ nu vɔ̃ si Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel blibo la de legbasubɔsubɔ me la wɔ. Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria. Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda. Woŋlɔ Peka ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu. Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti. Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda. Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o. Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome. Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o. Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe. Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.” Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene. Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin. Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria. Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ. Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi. Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi. Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko. Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi. Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa. Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Ahaz, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me la, Hosea, Ela ƒe viŋutsu zu Israel fia le Samaria; eɖu fia ƒe asiekɛ. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ke menye abe ale si Israel fia siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ ene o. Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe. Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta. Azɔ la, Asiria ƒe asrafowo va yɔ Israelnyigba dzi, woɖe to ɖe Samaria, Israel ƒe fiadu la ƒe etɔ̃. Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me. Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo. Wodze dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la ƒe subɔsubɔwo yome hekpe ɖe subɔsubɔ siwo Israel fiawo he vɛ la ŋu. Israelviwo wɔ nu siwo mele eteƒe o la le bebeme ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu. Tso gbetakpɔxɔ dzi yi ɖe du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me la, woawo ŋutɔ tu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me. Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒe ɖe sia ɖe abe ale si dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la wɔna ene. Wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo na Yehowa do dziku. Wosubɔ legbawo, evɔ Yehowa gblɔ na wo be, “Migawɔ esia o.” Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.” Ke Israel meɖo to o. Wonye kɔlialiatɔwo abe wo fofowo ene eye womeka ɖe Yehowa, woƒe Mawu la dzi o. Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o. Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo. Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. Eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta va se ɖe esime Yuda ƒe viwo koe susɔ ɖe anyigba la dzi. Ke Yuda gɔ̃ hã gbe Yehowa, woƒe Mawu la ƒe sewo dzi wɔwɔ. Woawo hã to Israel ƒe mɔ vlowo dzi. Ale Yehowa gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã. Ehe to na wo esi wòtsɔ wo de asi na woƒe futɔwo va se ɖe esime wotsrɔ̃ wo. Elabena Israel ɖe eɖokui ɖa tso David ƒe fiaɖuƒe la me eye wòtia Yeroboam, Nebat ƒe vi abe eƒe fia ene. Yeroboam he Israel ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ. Ena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ eye womeɖe asi le nu vɔ̃ si me Yeroboam kplɔ wo dee la wɔwɔ ŋu o, va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe. Asiria fia kplɔ amewo tso Babilonia, Kuta, Ava, Hamat kple Sefarvaim ɖada ɖe Samaria ƒe duwo me ɖe Israelviwo teƒe. Ale Asiriatɔwo xɔ Samaria kple Israel du bubuwo. Ke esi Asiriatɔ siawo mesubɔa Yehowa esi wova ɖo anyigba la dzi enumake o ta la, Yehowa ɖo dzatawo ɖa wowu wo dometɔ aɖewo. Ale woɖo du ɖe Asiria fia be, “Mí ame siwo nèna míetso mía de va le Israel la, míenya anyigba la ƒe Mawu ƒe sewo o, ale woƒe Mawu la ɖo dzatawo ɖa be woawu mí elabena míesubɔe o.” Ale Asiria fia ɖe gbe be, “Mina nunɔla siwo mieɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka nagbugbɔ ayi afi ma eye wòafia nu si anyigba la ƒe Mawu di be ameawo nawɔ la mi.” Ale nunɔla siwo woɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka va nɔ Betel eye wòfia ale si woasubɔ Yehowae wo. Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi. Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima. Avitɔwo subɔa woƒe mawu siwo nye Nibhaz kple Tartak eye Sefartɔwo tsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa numevɔe le woƒe mawu siwo nye Adramelek kple Anamelek la ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi. Ke wogalé dukɔ siwo me wotso la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi kokoko. Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe. Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o. Ke Yehowa, ame si ɖe mi tso Egipte kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ, si wòdo ɖe dzi lae nye ame si wòle be miasubɔ. Eyae migade ta agu na eye eyae miasa vɔwo na. Ele be Yakob ƒe dzidzimeviwo nawɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi eye womasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.” Elabena Yehowa gblɔ be, “Migaŋlɔ nubabla si mewɔ kpli mi la be o. Migasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o. Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.” Ke wogbe toɖoɖo eye wogayi woƒe agbenɔnɔ tsãtɔ dzi ko. Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Israel fia, Hosea, Ela ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Yuda fia, Ahaz ƒe viŋutsu Hezekia zu fia. Edze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene. Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ. Exɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi se kple dzi blibo eye fia siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖeke menɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kpɔ abe eya ene o. Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi. Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o. Hezekia ɖu Filistitɔwo dzi tso gbetakpɔxɔ dzi va se ɖe du siwo woɖo gli ƒo xlãe la dzi; eɖu Filistitɔwo dzi yi ɖe Gaza kple eƒe nutowo me ke. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la. Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi. Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me. Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ. Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi. Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye. Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me. Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia. Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to. Wobia tso Fia Hezekia si be wòava ƒo nu kple yewo, ke Hezekia ɖo Eliakim, Hilkia ƒe vi si nye eƒe asitsanyawo dzi kpɔla, Sebna, eƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala ɖa be woabia ŋutifafa. Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be, “Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: ‘Nu ka dzie nètu wò dzideƒo sia ɖo? Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? Kpɔ ɖa, azɔ la, èle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu, Egipte si nye aƒla ŋeŋe si tɔa asi na ame, dea abi ame ŋu ne èziɔ ɖe eŋu. Nenema tututue Farao, Egipte fia le ɖe ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti. Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa? “ ‘Va azɔ ne nàtso gbe kple nye aƒetɔ Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò ne àte ŋu akpɔ wo dolawo ko! Togbɔ be nèle dzi ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo wò hã la, aleke nàte ŋu awɔ aɖu nye aƒetɔ ƒe aʋafiawo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã dzi? Gawu la, ɖe meva be madze teƒe sia dzi atsrɔ̃e ne nyemexɔ gbe tso Yehowa gbɔ oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be mava ƒo ɖe dukɔ sia dzi ne matsrɔ̃e.’ ” Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.” Ke Asiriatɔwo ƒe aʋafia la ɖo eŋu be, “Ɖe nye aƒetɔ ɖom ɖa be maƒo nu na mi kple miaƒe aƒetɔ koa? Ɖe meɖom ɖe ame siwo le glia dzi la hã gbɔ oa? Elabena evɔ na wo abe miawo ke ene. Woaɖu woawo ŋutɔ ƒe afɔdzi eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ!” Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya! Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o! Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’ “Migaɖo to Fia Hezekia o. Nya si Asiria fia gblɔe nye esi: Miwɔ ŋutifafa kplim eye miava gbɔnye. Ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu nu tso eya ŋutɔ ƒe wain kple gboti me eye wòano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o! “Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’ Dukɔ bubu aɖe ƒe mawuwo ɖe eƒe amewo tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria? Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigba tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asi me?” Ke ame siwo nɔ glia dzi la meke nu o, elabena woƒe fia de se na wo be, womegagblɔ nya aɖeke o. Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, ta akpanya eye wòyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ na Eliakim, Sebna kple nunɔla tsitsitɔ aɖewo be woata akpanya eye woayi Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi gbɔ agblɔ nɛ be, “Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene. Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’ ” Esi Fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. Miɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ” Esi aʋafia si le aʋakɔ siwo le gbea dzi dzi kpɔm la se bena, Asiria fia dzo le Lakis la, etrɔ dzo yi aƒe eye wòkpɔ fia la le aʋa wɔm kple Libna. Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ Ènya nu siwo Asiria fia wɔ le afi sia afi si wòyi la nyuie; wogblẽ nu sia nu. Nu ka ta tɔwò ato vovo tso bubuawo tɔ gbɔ? Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã! Afi ka Hamat fia kple Arpad fia le? Nu kae wɔ Sefarvaim kple Hena kple Iva ƒe fiawo?” Fia Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔwo si, xlẽe eye wòyi gbedoxɔ me be yeatsɔe aɖo Yehowa ŋkume. Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. “Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fia ɖu dukɔ siawo katã dzi eye wòtɔ dzo woƒe mawuwo elabena menye mawuwoe wonye o, ke boŋ ati kple kpee wonye. Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe wonye. Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.” Tete Yesaya, Amoz ƒe vi ɖo du ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa tso Senakerib, Asiria fia, ŋuti. Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti: “ ‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la, do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò. Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ. Ame kae nèdzu hegblɔ busunya ɖe eŋuti? Ame ka ŋutie nèkɔ wò gbe dzi ɖo eye nètro ŋku kpɔe dadatɔe? Ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋutie! Èdɔ wò dɔlawo be woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi. Ègblɔ be, “Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tame eye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame. Melã sedati kɔkɔwo kple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi. Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu ke kple eƒe ave nyuitɔwo tame. Meɖe vudo ɖe dzronyigba dzi heno tsi le afi ma. Metsɔ nye afɔƒome fanya Egipte ale gbegbe be eƒe tɔsisiwo katã mie.” “ ‘Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago. Ŋusẽ vɔ le woƒe amewo ŋu eye vɔvɔ̃ kple ŋukpe lé wo. Ale wole abe gbe le gbedzi, gbe damawo kple gbe si mie ɖe xɔta eye ŋdɔ ɖui wòku hafi wòva tsi la ene. “ ‘Ke menya afi si nèle, wò dodo kple gbɔgbɔ kple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye. Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.’ “Esia anye dzesi na wò, Oo Hezekia: “Ƒe sia me la, miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si, ne ƒe trɔ la, miagaɖu esiwo susɔ. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu, miaxa nu, miade waingble eye miaɖu eme kutsetsewo. Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku. Elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi. “Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme. “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi: “ ‘Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple eƒe akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o. Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o. Yehowae gblɔe. Maʋli du sia ta eye maɖe du sia le nye ŋutɔ nye ŋkɔ kple nye dɔla, David ta.’ ” Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ. Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma. Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabena èle kuku ge eye màhaya o.’ ” Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, “Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie. Hafi Yesaya nado le xɔxɔnu titinatɔ me la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena, “Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’ ” Tete Yesaya gblɔ nɛ be, “Tu gbotsetsewo wòabla nyuie.” Wotui eye wokae ɖo ƒoƒoeawo dzi nɛ eye eƒe lãme se. Hezekia bia Yesaya be, “Nu kae anye dzesi be Yehowa ayɔ dɔm eye mayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi?” Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?” Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.” Tete Nyagblɔɖila Yesaya do ɣli na Yehowa eye Yehowa na vɔvɔli yi megbe ɖoƒe ewo le Ahaz ƒe ɣega te. Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ nunana ayi na Hezekia elabena ese be edze dɔ. Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o. Nyagblɔɖila Yesaya yi Fia Hezekia gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka dim ame siawo le? Afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso Babilonia ke.” Yesaya biae be, “Nu kawoe wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Metsɔ nye kesinɔnuwo katã fia wo.” Yesaya gblɔ nɛ be, “Ɖo to Yehowa ƒe nya sia: Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe. Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.” Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Ke nu si tututu wòbu le eɖokui me lae nye, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ ɖeɖe nanɔ anyi le nye ŋutɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo me ko!” Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Hezekia ku la, via Manase ɖu fia ɖe eteƒe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.” Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ. Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.” Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be, “Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la, Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃. Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi. Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.” Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa. Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe. Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ. Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o. Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me. Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae. Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Dadae nye Yedida si nye Adaya tso Bozkat la ƒe vinyɔnu. Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia David ƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusime alo miame o. Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be, “Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi. Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo: atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo. Womebia tso xɔtutudɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta tso woƒe nu gbegblẽwo ŋu tsitotsito o elabena wonye nuteƒewɔlawo.” Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe. Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.” Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la. Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo. Eɖe gbe na nunɔla Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Akbor, Mikaya ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, “Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.” Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, ‘Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu. Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’ Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu. Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel. Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo. Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi. Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli. Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame. Togbɔ be nunɔla siawo mewɔ subɔsubɔdɔwo le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o hã la, woɖua abolo maʋamaʋã kple nunɔla bubuawo. Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o. Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã. Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me. Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la. Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo. Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo. Esi Fia Yosia nɔ ŋku tsam gbe ɖeka la, ekpɔ yɔdo aɖewo ɖaa le to la ŋu. Eɖe gbe na eƒe amewo be woaɖe ƒuawo le yɔdoawo me eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui si le Betel la dzi, ado gui ale be, nya si Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ da ɖi be adzɔ ɖe Yeroboam ƒe vɔsamlekpui dzi la nava eme. Fia la bia be, “Yɔdokpe kae nye ema le afi ma?” Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Nyagblɔɖila si tso Yuda va gblɔ nu si nèwɔ fifia da ɖi be adzɔ ɖe vɔsamlekpui sia dzi le Betel la ƒe yɔdoe!” Ale Fia Yosia gblɔ be, “Migaka asi eŋu o. Migaɖe fu na nyagblɔɖila la ƒe ƒuwo o.” Ale wometɔ dzo eƒe ƒuwo kple nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo o. Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene. Ewu trɔ̃subɔlawo ƒe nunɔlawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpuiwo dzi eye wòtɔ dzo ameƒuawo ɖe vɔsamlekpuiawo dzi hedo gu wo. Azɔ la etrɔ va Yerusalem. Fia Yosia gblɔ na eƒe amewo azɔ be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖe se siwo Yehowa, woƒe Mawu la na woŋlɔ ɖe Nubabla ƒe Agbalẽ la me la nu. Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ nenema tso Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli o eye womegaɖui kpɔ nenema le Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe fiaɖuɣiwo katã me o. Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Yosia tsi ŋɔliyɔyɔ, adzewɔwɔ kple legbasubɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nu le Yerusalem kple anyigba blibo la dzi. Ewɔ alea elabena edi be yeawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si Nunɔla Hilkia fɔ le gbedoxɔ la me la dzi pɛpɛpɛ. Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o. Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.” Woŋlɔ Fia Yosia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido. Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe. Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene. Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda. Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo. Fia Yehoyakim ma ga home si Egipte fia bla na dukɔa la na eteviwo, ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu be wòate ŋu akpɔ ga la axe na Egipte fia. Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Zebida, Pedaya vinyɔnu. Etso Ruma. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu. Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene. Nu siawo dzɔ ɖe Yuda dzi le Yehowa ƒe ɖoɖo nu ale be yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkume le Manase ƒe nu vɔ̃ kple nu siwo katã wòwɔ la ta. Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o. Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe. Egipte fia Farao megatrɔ gbɔ emegbe o elabena Babilonia fia yi ɖanɔ anyigba si Egipte fia gblɔ be enye ye tɔ la dzi. Teƒe siawo nye Yudanyigba blibo la tso Egipte tɔsisi la to yi ɖatɔ Frat tɔsisi la. Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoa wɔ ene. Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem. Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem, eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me. Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu. Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi. Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia. Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre (7,000) kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa. Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia. Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene. Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe. Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome eye wotui le Yeriko ƒe gbadzaƒe. Fia la ƒe asrafowo gble fia la ɖi eye woka hlẽ. Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe. Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia. Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrea gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si nye dɔnunɔla le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea. Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe. Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo. Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o. Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ. Akɔblitametsyɔnu si wowɔ tsyɔ sɔtiawo tame la ƒe kɔkɔme le mita ɖeka kple afã eye woɖo atsyɔ̃ nɛ kple yevuboɖati ƒe seƒoƒo siwo wowɔ kple akɔbli. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. Ke le ame siwo susɔ ɖe dua me dome la, ekplɔ aʋafia si le aʋawɔlawo nu kpe ɖe ame atɔ̃ siwo nye fia ƒe aɖaŋuɖolawo ŋuti. Ekplɔ agbalẽŋlɔla gã, ame si ganye dɔnunɔlagã, si kpɔa amewo xɔxɔ de asrafodɔ me ƒe nyawo gbɔ hekpe ɖe eŋutime blaade siwo susɔ ɖe dua me la ŋuti. Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla. Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi. Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu. Esi Israel ƒe aʋawɔla aɖewo, ame siwo womelé o la se be Babilonia fia tsɔ Gedalia ɖo dzikpɔlae la, kplɔla aɖewo kple woƒe amewo va wɔ ɖeka kplii le Mizpa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ismael, Netania ƒe vi, Yohanan, Karea ƒe vi, Seraya, Tanhumet ƒe vi tso Netofat kple Yaazania, si tso Makat kple woƒe amewo. Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.” Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa. Ale Yudatɔwo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple asrafomegãwo katã si yi Egipte elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Babiloniatɔwo. Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi. Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia. Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu, ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la. Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos, be wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea. Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi. Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe. Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ. Eva eme be Zekaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnu la nu le Mawu ƒe ŋkume, eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ. Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa. Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime. Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi. Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes. Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi, elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye akplɔ Israelvi geɖewo ava Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe. Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.” Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?” Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò, gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.” Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema. Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me. Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ. Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔ me nyo ŋutɔ be wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.” Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret, si le Galilea la me. Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe. Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.” Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu. Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe! Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ. Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.” Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.” Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi. Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me. Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.” Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme nam.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume. Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me, eye wòge ɖe Zekaria ƒe aƒe me, eye wòdo gbe na Elizabet. Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu. Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake. Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa! Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta. Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.” Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe. Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti. Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime. Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime. Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me. Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi. Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe. Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.” Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe. Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi. Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ. Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ, gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.” Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o.” Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia. Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, “Eŋkɔe nye Yohanes.” Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe. Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me. Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be, “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ. Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David ƒe aƒe me (abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene), be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me, ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe, kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me. “Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila, elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ, ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me, le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo, ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.” Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me. (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma. Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me. Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o. Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me. Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ, gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa! “Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me. Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.” Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be, “Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.” Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.” Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩ la hã, wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame. Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe. Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu, be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa, eye gawu la, wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene. Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã. Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume (elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”). Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve. Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo. Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la, Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be, “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me, elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene. Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe, si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume. Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!” Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta. Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene, ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la, yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.” Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime, eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii. Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la. Esi Yosef kple Maria wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea. Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu. Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o, elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma. Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo. Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta. Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.” Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?” Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o. Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me. Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum, esime Anas kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va na Yohanes, ame si nye Zekaria ƒe vi la le gbedzi. Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi, nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be, “Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi, ‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi! Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe. Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi. Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ! Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e. Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ” Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu? Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham. Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.” Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke.” Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo. Wobiae be, “Nufiala nu ka míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.” Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!” Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o? Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Ame si si lugbɔnu le, be wòatsɔ akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.” Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie kple nya siawo esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo. Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la, Herod lé Yohanes hã de gaxɔ me. Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.” Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli, Heli fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef, Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos, Amos fofoe nye Nahum, Nahum fofoe nye Esli, Esli fofoe nye Nagai, Nagai fofoe nye Mat, Mat fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Semein, Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda, Yoda fofoe nye Yoana. Yoana fofoe nye Resa, Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel, Sealtiel fofoe nye Neri. Neri fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Adi, Adi fofoe nye Kosam, Kosam fofoe nye Elmadam, Elmadam fofoe nye Er, Er fofoe nye Yosua, Yosua fofoe nye Elieza, Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Simeon, Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yosef, Yosef fofoe nye Yonam, Yonam fofoe nye Eliakim, Eliakim fofoe nye Melea, Melea fofoe nye Mena, Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan, Natan fofoe nye David, David fofoe nye Yese, Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz, Boaz fofoe nye Salmon, Salmon fofoe nye Naheson, Naheson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Ram, Ram fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezron, Hezron fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ, Nahɔ fofoe nye Serug, Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg, Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe nye Sela, Sela fofoe nye Kainan, Kainan fofoe nye Arfaxad, Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa, Noa fofoe nye Lamek, Lamek fofoe nye Metusela, Metusela fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared, Yared fofoe nye Mahalalel, Mahalalel fofoe nye Kenan, Kenan fofoe nye Enos, Enos fofoe nye Set, Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye Mawu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la dzo le Yɔdan tɔsisi la to, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe. Enɔ afi ma ŋkeke blaene, eye Abosam va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o, ale dɔ wui vevie. Abosam gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie nenye tututu la, ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.” Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye wògblɔ na Yesu be, “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple ŋutikɔkɔe ana; elabena tɔnyewoe, eye mate ŋu atsɔ wo na ame sia ame si melɔ̃. Eya ta ne èdze klo de ta agu nam ko la, matsɔ wo na wò.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ.” Azɔ Abosam gakplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be, “ ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me, ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Mègate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ o.’ ” Esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũu azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la, amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo. Le mawunya deto siwo wògblɔna le woƒe ƒuƒoƒewo ta la, ame sia ame kafunɛ ŋutɔ. Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la, wotsɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋu teƒe si woŋlɔ ɖo be, “Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me, eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.” Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa. Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbeŋkeke sia dzi.” Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mèwɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’ “Vavã mele egblɔm na mi be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o. Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi. Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ. Mibu Nyagblɔɖila Elisa, ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.” Yesu ƒe nya siawo ve dɔ me na ameawo ŋutɔ le ƒuƒoƒea esi wose wo. Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋu me nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze agame. Gake ezɔ to amehawo dome hedzo le wo gbɔ kɔ̃ɔ. Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me, eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Dzudzɔgbe ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le woƒe ƒuƒoƒewo. Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu ŋusẽtɔe. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be, “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.” Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me, eye megawɔ nu vevi aɖekee o. Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ, ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu, ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?” Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒe aƒe me, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu.” Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme. Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu, eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo. Gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me, eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe. Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum. Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le woƒe ƒuƒoƒewo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma. Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe lã fũu.” Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la.” Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ gɔ̃ hã. Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.” Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!” Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome. Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ kpodɔléla aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la me. Esi kpodɔléla la kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ̃ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.” Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu. Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu. Gake zi geɖe la, edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu. Kasia, ame aɖewoe nye esiwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?” Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’? Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me.” Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia, ŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo. Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.” Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.” Ale Levi gblẽ nu sia nu ɖi, eye wòtso enumake hedze eyome. Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me. Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nuwɔna sia ŋu, eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖua nu henoa nu kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ko, hena dzimetɔtrɔ.” Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã. Ke Yesu bia wo be, “Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ li kpli wo mahã? Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.” Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã. Nenema ke womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo, eye aha la katã akɔ ɖe anyigba. Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo. Nenema kee ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo, klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum. Farisitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ wo, eye wogblɔ na Yesu be, “Nu ka ta miewɔ nu si mele se nu be woawɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o mahã?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Alo miexlẽ nu tso nu si David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa? Eyi ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye wòɖui, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o negbe nunɔlawo ko.” Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nye Amegbetɔ Vi lae nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.” Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene. Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe mɔ be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?” Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, “Dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo. Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti. Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã. Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui, eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo. Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), Andrea si nye Simɔn nɔviŋutsu, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla; Yuda si nye Yakobo vi, kple Yuda Iskariɔt ame si va zu yomemɔfiala. Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke va be yewoaɖo toe alo be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la, enya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo le amewo me. Ame geɖewo ŋutɔ nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be, “Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo nye ame dahewo la lalalm, elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mia lalam, ne amewo lé fu mi, ɖe mi le woƒe ha me, eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe Amegbetɔ Vi la ta! “Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti. “Ao, baba na mi kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo. Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna. Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo. Babaa na mi ame siwo ŋu amewo aƒo nu nyui le, elabena nenema kee wo fofowo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo. “Ke mi ame siwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi be: Milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miawɔ nyui na ame siwo lé fu mi la. Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta. “Nenye be ame aɖe ƒo wò tome ɖeka la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ wò dziwui la, mègagbe wò awutewuitsɔtsɔ nɛ o. Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o. Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema. “Ne mielɔ̃ mia lɔ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo hã lɔ̃a wo xɔlɔ̃wo. Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema! Ne miedoa ga na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woagaxee na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo be yewoaxɔ nenema ke emegbe. “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã. “Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. “Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu fɔ ame aɖeke, eye Mawu hã nabu fɔ mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, eye Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.” Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa? Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si xɔ hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe nufiala ene. “Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefi si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi màte ŋu akpɔ gãa si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa nɛ. “Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me. Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana. “Nu ka tae mieyɔam be ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’, evɔ miewɔa nye gbe dzi o? Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nya, eye wòwɔa edzi la, mafia ame si wòɖi mi. Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo, eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ, eye tsi ɖe xɔa la, mete ŋu mui o, elabena wotui nyuie. Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me. Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. Wogblɔ na Yesu be, “Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí.” Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o. Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.” Esi Yesu se nya siawo la, nyawo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha si dze eyome la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.” Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒe me la, wokpɔ dɔla si nɔ dɔ lém la wòhaya, eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene. Le esia megbe la, Yesu yi du aɖe si woyɔna be Nain la me. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe kplɔe ɖo heyi. Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii. Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!” Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.” Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.” Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ, eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. Ke Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃la eve, eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?” Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mí ɖo ɖe gbɔwò be míabia wò be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’ ” Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ” Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le. Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’ Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!” (Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye nudzɔlawo la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.) Azɔ Yesu bia wo be, “Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “ ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’ Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo. Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.” Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la, nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi. Etsi tsitre ɖe Yesu ŋgɔ le eƒe afɔ nu, eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo, eye wòʋu nu le amiʋeʋĩ la nu hesi na wo. Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.” Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ, eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.” Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe, eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu. Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?” Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.” Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe. Le mía dekɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia. Mèsi ami ɖe ta nam o; ke eya tsɔ ami si ɖe nye afɔwo ŋuti. Le esia ta la, see be lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia la fia be wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee. Ke ame si wotsɔ nu vɔ̃ ʋɛ aɖe ko kee la ɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.” Yesu gblɔ na nyɔnu la azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame kae nye esia, si tsɔa nu vɔ̃wo hã kena mahã?” Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui la. Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le, Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii. Gbe ɖeka esi ame geɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu be yewoase eƒe nyawo, eye bubuwo hã ganɔ mɔ dzi gbɔna tso du bubuwo me la, edo lo sia na wo be, “Agbledela aɖe yi eƒe agble me be yeaƒã nuku. Esi wònɔ nukuawo wum la, ɖewo ge ɖe mɔƒome, eye amewo va zɔ wo dzi. Xeviwo hã va fɔ wo mi. Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me, gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩi afi si woakpɔ tsi le o. Bubuwo ge ɖe ŋugbewo me, eye womie kple ŋuawo, gake ŋuawo va vu tsyɔ̃ wo dzi, eye wotsrɔ̃. Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la, egblɔ be, “Ame si to senu li na la nesee.” Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be wòaɖe lododo la gɔme na yewo. Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ” Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye esi, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ vɛ na amegbetɔwo. Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya, gake Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me ale be wometea ŋu xɔa edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o. Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake metoa ke ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Woxɔna sena ɣeyiɣi aɖe, ke le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogbɔdzɔna. Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔ̃a nya la dzi le woƒe dziwo me, ale be wometsea ku ɖina o. Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.” Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu. Esia fia be gbe ɖeka la, woahe nu sia nu si le amewo ƒe dzi me la ɖe gaglãgbe be ame sia ame nakpɔ. Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.” Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Amewo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu te ɖe eŋu o. Ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ. Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, egblɔ be, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la, eye wowɔna ɖe edzi hã.” Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me. Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!” Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo. Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?” Wova ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba si le Galilea ƒua godo la dzi. Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna. Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!” Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe. Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o. Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo. Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. Esi hakplɔlawo kpɔ nu siwo dzɔ la, wolé du tsɔ sesĩe tu ta duwo kple kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo. Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã. Ame siwo kpɔ ale si Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la ŋui la gblɔe na wo tɔ bubuawo. Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma. Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo. Ke esi Yesu trɔ va la, ameha la xɔe atuu, elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo. Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me, elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo. Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ. Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye.” Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ. Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.” Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o.” Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.” Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko. Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!” Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku. Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tsitre.” Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!” Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi. Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o. Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.” Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti. Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyanyui la kakam, eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu. Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” Le esia ta la, Herod gblɔ na eɖokui be, “Metso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye esia si ŋu mele nya wɔnuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu. Esi apostoloawo trɔ gbɔ va la, wogblɔ nu siwo wowɔ la na Yesu. Emegbe la, Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me. Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome. Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?” (Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” ale ameha la nɔ anyi nenema. Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ. Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.” Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!” Ke ede se na wo vevie be womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o. Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.” Egblɔ na wo be, “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòanɔ ŋunye ɖaa. Ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e. Ke ame si tsrɔ̃ eƒe agbe ɖe tanye la, aɖee boŋ. Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe? “Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye hã makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu. “Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!” Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le. Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. Ŋutsu eve, Mose kple Eliya wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.) Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!” Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe. Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu. Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o.” Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.” Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa. Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta. Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be, “Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.” Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase. Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu ŋuti. Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi. Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.” Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.” Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo ta me kplikpaa ɖo ta Yerusalem, eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava. Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ ame dɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta. Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?” Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo. Ale wodzo yi kɔƒe bubu me. Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ be, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.” Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.” Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me. Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. Azɔ miheyi, eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽvi siwo wodɔ ɖo ɖe amegaxiwo dome ene. Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o! “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’ Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi. “Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu. “Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua me tɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme. Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’ “Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be, ‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’ Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ bɔbɔe na Sodom wu du sia le Ʋɔnudrɔ̃gbe la. “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanya anɔ anyi ɖe afi me. Le nyateƒe me la, tohehe si woana Tiro kple Sidon la anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbe la. Mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me.” Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.” Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Satana wòge tso dziƒo abe dzikedzo ene! Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o. Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzi me fũu kple dzidzɔ blibo, eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyala gãwo gbɔ, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ. Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.” Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu, eye wògblɔ na wo dzaa be, “Woayra ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm. Nyagblɔɖilawo kple fia siwo nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me, eye yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele, gake womete ŋui o!” Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?” Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ” Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!” Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui, elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?” Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã. Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ. Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to, gake eya hã tso eme dzo. Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina, eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa. Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’ ” Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be, “Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo si me?” Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae nye ehavi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Eɖo eŋu nyuie, heyi, eye wò hã nawɔ nenema.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Yerusalem, eye wova ɖo kɔƒe aɖe me. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Marta la xɔ wo ɖe eƒe aƒe me. Marta nɔvi Maria va nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem. Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽe la, Marta te ɖe Yesu ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia, eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.” Gake Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. Ke nu ɖeka koe le vevie, eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.” Yesu gblɔ na wo be, “Ale miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Fofo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva. Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe, tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’ ” Yesu yi edzi gagblɔ na wo be, “Mitsɔe be, xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zãtitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam, elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem, eye naneke meli matsɔ nɛ wòaɖu o.’ “Mitsɔe be ame si le xɔ me la ɖo eŋu be, ‘Mègaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’ “Mele egblɔm na mi be nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne èƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò, elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii. Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi. “Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò bia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o! “Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?” Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ vavã. Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.” Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti? Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie. Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo. “Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.” “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me. Ne wòkpɔ be wokplɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛe, eye nu sia nu le ɖoɖo nu. Eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.” Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawò, ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.” Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la, Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae. Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome. Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.” “Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me. Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me. Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o. Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.” Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe egbɔ henɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu. Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa. Aƒetɔ la gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, mieɖoa ŋu ɖo tsɔa dzigbɔɖi klɔa kplu kple agbawo ŋuti, gake miaƒe agbe me yɔ fũu kple ɖiƒoƒo, ŋubiabiã kple tamesesẽ. Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ. “Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o. “Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina. “Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.” Sefialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, èdo vlo miawo hã.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o. “Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo. Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’ Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta. Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi. “Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.” Esi wòdo go tso afi ma la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tsitre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam be woalée le eƒe nuƒoƒo me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka. Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame.” Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, “Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. “Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo. “Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene. Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume. Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. “Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.” Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò, gblɔ na nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam!” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?” Eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” Azɔ edo lo sia be, “Agble nyui aɖe si wɔa nuku la nɔ gatɔ aɖe si. Le nyateƒe me, eƒe nukuawo wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo gɔ̃ hã o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie, eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, ‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã. Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.” ’ “Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’ “Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi.” Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o, elabena agbe xɔ asi wu nuɖuɖu eye ŋutilã xɔ asi wu nudodo. Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã! Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu? “Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomo ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi. Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o. Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ. “Midzra ɖo, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim. Miawo la, miɖi dɔla siwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ be ne egbɔ tso srɔ̃ɖeƒe eye wòva ƒo ʋɔa la, ne yewoaʋui nɛ enumake. Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu. Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le zã ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la. Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.” Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?” Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔ be ewɔ eƒe dɔdeasi. Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu. Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la, eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome. “Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o. Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.” “Ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu dɔ sia nu xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi. Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi. Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ vɛ. Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me ama, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tsitre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme, eye akpa etɔ̃ atsi tsitre ɖe ŋunye. Vi kple tɔ ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dadaa dome. Eye nenye be lɔ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la, lɔ̃xoyɔvia atu afɔ eme.” Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ, eye wògblɔ be, “Ne miekpɔ lilikpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, ‘Agbafie le wɔwɔ ge.’ Eye tsi dzana hã vavã. Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, ‘Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.’ Eye esia hã vaa eme. Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o. “Nu ka ta miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o ɖo? Nenye be wò futɔ tsɔ nya ɖe ŋuwò, eye nèkpɔe le mɔ dzi wòyina fia ƒe ʋɔnu kple wò nya la, tɔe, eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade wò mɔ. Eye ne wode wò mɔ la, ànɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣe ma ɣi me la, ame aɖewo ka ale si Pilato na be wowu Galileatɔwo hetɔtɔ woƒe ʋu kple woƒe numemewo la ta nɛ. Yesu trɔ bia ameawo be, “Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa? Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o. “Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.” Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’ “Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la, malãe ƒu anyi.’ ” Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la, ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o. Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!” Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ, eye wòdzɔ ɖe tsitre kã hekafu Mawu. Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!” Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?” Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta. Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Aleke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsɔe asɔ ɖo? Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.” Egabia ake be, “Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe asɔ ɖo? Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.” Azɔ Yesu nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu. Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?” Eɖo eŋu na wo be, “Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o. Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’ “Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mí kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’ “Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’ “Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me. Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.” Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la, ekema dzo le afi sia, elabena Fia Herod le diwòm be yeawu.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele. Ɛ̃, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, mawu nye dɔ nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o. “O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o. Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o, va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe. Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?” Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo. Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Nenye be via alo eƒe nyi ge dze do me le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?” Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o. Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua la tia kplɔ̃a ta. Le esia ta edo lo na wo gblɔ be, “Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli be yeanɔ kplɔ̃ ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la, ne edzɔ nenema la, ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò be, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi. “Nu si boŋ wòle be nàwɔe nye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò la ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.” Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsiŋkekea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.” Esi ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, “Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!” Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ. “Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o. “Bubu hã do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ. “Ame bubu hã gado taflatse be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃, eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnu la ɖi ava o. “Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui. “Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’ “Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ. Elabena mele egblɔm na mi be ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.’ ” Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. “Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo anyi, eye mete ŋu tui wu enu o la, ame siwo katã kpɔe la ade asi fewuɖuɖu le eŋu me. Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme, gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’ “Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa, ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi hã o? Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ. Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi! “Dze la, nu vevi ye, ke ne dze bu eƒe vivi la, ŋudɔwɔnu kae wòganye? Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe. “Ame si to senu li na la nesee.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃ wɔla dovowo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya zi geɖe. Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã. Esia na be Yesu do lo sia na wo be, “Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? Eye nenye be èkpɔe la, àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee. Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye, elabena èkpɔ wò alẽ si bu la. “Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ- vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o. “Mise lododo sia hã ɖa. Klosaloga ewo nɔ nyɔnu aɖe si, eye wòbu ga vevi siawo dometɔ ɖeka. Ɖe nyɔnu sia masi akaɖi adi ga la le eƒe aƒe ƒe dzogoewo katã me kple ɣaɣlaƒewo katã va se ɖe esime wòkpɔe oa? Eye ne ekpɔe ɖe, mayɔ eƒe aƒelikawo kple exɔlɔ̃wo agblɔ be, ‘Miva kpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo si mebu la oa?’ Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me.” Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ. “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me. Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me. Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ. Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o. “Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta! Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò, eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene.” ’ “Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ. “Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’ “Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake. “Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒe me la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me, ale wòyɔ subɔvi ɖeka hebiae be nu kae le edzi yim le aƒea me? Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃ gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’ “Dɔ me ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ, eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me. Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o. Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’ “Fofoa gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ ɖa, vinye lɔlɔ̃a, nye kpli wò míeli xoxoxo. Nu sia nu si le asinye la, tɔwòe. Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwòe. Azɔ eku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye míegafɔe.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ. “Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’ “Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa. Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’ “Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖekaɖeka. Ebia gbãtɔ be, ‘Ho neni ƒe fe nènyi le nye aƒetɔ ŋu?’ “Eɖo eŋu be, ‘Amitimi kilolita etɔ̃.’ “Gakɔntametola gblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ gbãtɔ, nɔ anyi kaba, eye nàtrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.’ “Tete wòbia ame evelia be, ‘Fe nenie wò ya nènyi?’ “Eɖo eŋu be, ‘Lu kilo blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.’ “Egblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ, eye nàŋlɔ kilo blaetɔ̃.’ “Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.” Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me. “Ame si te ŋu wɔ nuteƒe le nu suetɔ me la ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la anye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me. Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si? Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke wɔ woatsɔ gã si nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò? “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.” Farisitɔ siwo lɔ̃a ga vivivo la se nya siawo katã, eye woɖo hehe ɖe Yesu ta. Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume. “Hafi Yohanes Mawutsidetanamela nadze mawunyagbɔgblɔ gɔme la, Mose ƒe sewo kple Nyagblɔɖilawo ƒe gbedeasiwo koe kplɔa mi. Gake Yohanes tsɔ nyanyui sia vɛ be mawufiaɖuƒe la gbɔna kpuie. Eye fifia la, ame geɖe ŋutɔ le ʋiʋlim vevie be yewoage ɖe eme. Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene. “Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si hã ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la hã wɔ ahasi.” “Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe. Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu. Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu. “Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii. Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’ “Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me. Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’ “Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me, elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’ “Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’ “Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’ “Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃, gake baba na ame si dzi wòato ava.” Anyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃. Eya ta minɔ ŋudzɔ. “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee. Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me,’ la, ekema tsɔe kee.” Le ɣe bubu ɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.” Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi. “Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’? Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’? Ɖe wòada akpe na dɔla la, elabena ewɔ nu si wògblɔ nɛ be newɔa? Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’ ” Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi. Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be, “Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!” Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu. Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ.” Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o. Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?” Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be ɣe ka ɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge? Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku, alo woagblɔ be, ‘Edze egɔme tso afi sia’ alo ‘Ele akpa kemɛ o,’ elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.” Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadi be nye Amegbetɔ Vi la manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o. Amewo ava gblɔ na mi be, ‘Ele afii!’ alo ‘Ele afi mɛ!’ Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o. “Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe. Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye. “Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã. “Xexea me anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã. Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo. “Ame siwo anɔ xɔta gbe ma gbe, eye woƒe nuwo nanɔ xɔ me la megatrɔ yi aƒe me be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o. Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒe me le dua me o. Miɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi! Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku, eye ame si aku la atsi agbe. Le zã ma me la, ame eve amlɔ abati ɖeka dzi, eye woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi. “Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi. [ Ame eve lanɔ agble me, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.]” Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Afi si nu kukuwo le la, afi mae akagawo hã nɔna!”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o. Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o. Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’ “Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la, le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’ ” Aƒetɔ la yi edzi be, “Mise nu si ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa? Mele egblɔm na mi be aɖe wo enumake. Gake biabia lae nye be nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la metrɔ gbɔ ɖe, ame neni makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te le anyigba dzi?” Azɔ Yesu do lo sia na ame siwo dana be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womekpɔa ame bubu ɖe naneke me o la be, “Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla aɖe. Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’ “Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’ Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.” Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wonya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o. Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Le nyateƒe me la, mele egblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.” Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?” Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.” Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.” Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye. Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me! Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?” Yesu ɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!” Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.” Yesu ɖo eŋu be, “Esia le eme vavã, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la, akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.” Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge. Woatsɔm ade asi na Ame siwo menye Yudatɔwo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye, aƒom, eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ tso ku me.” Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o, elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene. Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si. Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye. Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.” Ale wode asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!” Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.” Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.” Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!” Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake, eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me. Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã. Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe. Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma. Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.” Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.” Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!” Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye. Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.” Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be, “Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’ “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’ “Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã. “Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’ “Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’ “Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’ Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’ “Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’ “Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’ “Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’ “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’ “Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ” Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ ” Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene, eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi. Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ. Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, gblɔ be, “Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!” “Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!” Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!” Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.” Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu, eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia. Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.” Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?” Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’ ” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.” Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.” Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.” Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu. Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe. “Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’ “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’ Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!” Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.” Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la. Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ. Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.” Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be, “Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.” Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!” Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu. Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ. Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. Ke etɔ̃lia hã ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. Nyɔnua hã va ku mlɔeba. Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o. Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. “Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.” Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!” Ale wodzudzɔ woƒe nyawo biabia, elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya aɖekee o. Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.” ’ David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?” Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo. Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me ŋu. Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ko ɖe nudzɔɖaka la me. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ahosi dahe sia ƒe nunana sɔ gbɔ sãa wu nunalawo katã ƒe nunana. Elabena nenem ƒe ame siawo katã ƒe nunana la nye nu si wozã wòsusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.” Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la kple kpe nyuiwo ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le akpedanunana vovovo siwo ŋuti wokɔ hetsi wo ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ. Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.” Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?” Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o. Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o. Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo. “Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo. Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la ŋu o, elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo ta. Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o. Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe. “Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo vɔ. Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi. Ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o. Ŋkeke siawoe nye hlɔ̃biaŋkekewo be nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ. Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi. Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.” “Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu. Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe, eye mianɔ ŋudzɔ, elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi.” Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa, ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.” Nenema ke nenye be miekpɔ be nu siwo megblɔ na mi le eme vam la, minyae be mawufiaɖuƒe la te tu aƒe. “Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia anɔ agbe akpɔ nu siawo teƒe pɛpɛpɛ hafi aku. Eye togbɔ be dziƒo kple anyigba nu ava yi hã la, nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. “Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o. Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.” Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ me la, etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me, eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi le gbedoxɔ la me be yewoaɖo to eƒe nufiafia.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Ŋutitotoŋkeke la te tu aƒe. Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo. Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me, ale wòyi nunɔlagãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti. Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu, eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me. Azɔ Ŋutitotoŋkekenyui si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le, eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi. Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu. Wobia be, “Afi ka nèdi be míayi aɖadzra ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me, eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be míbia wò be: Afi ka dzeƒe le, afi si nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le?’ Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.” Woyi dua me, eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi. Yesu kple nusrɔ̃la mamlɛawo va ɖo le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la me, eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu. Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitotoŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme. Elabena medi be mianya fifia be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.” Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe, eye ame sia ame nanoe. Elabena mele egblɔm na mi be nyemagano waintsetse aɖeke me tsi akpɔ o, va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la va.” Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.” Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, “Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me. Ke yonyememɔfiala ƒe asi le kplɔ̃a dzi kplim. Ele be Amegbetɔ Vi la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!” Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi wɔ ge. Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu. Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to, gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe. Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae. Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi. Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me, eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene. Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.” Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa bli ene. Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.” Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò, eye maku kpli wò gɔ̃ hã.” Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.” Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.” Eyi edzi be, “Azɔ la, mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee. Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome.’ Le nyateƒe me la, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.” Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.” Azɔ abe ale si Yesu wɔnɛ ɖaa ene la, edo go le dua me yi ɖe Amito la dzi. Eye eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome. Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.” Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko, eye wòdze klo do gbe ɖa be, “Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.” Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe, elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii. Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ. Yesu gblɔ na wo be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.” Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene. Gake Yesu biae be, “Yuda, nu ka ta nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Amegbetɔ Vi la asia?” Esi nusrɔ̃la mamlɛawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “Aƒetɔ, míwɔ avu kpli woa? Míetsɔ míaƒe yiawo ɖe asi!” Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na nunɔlagã ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome. Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene. Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã? Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.” Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna. Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum, eye Petro va nɔ wo dome le afi ma. Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.” Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu, nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!” Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.” Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elabena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.” Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Petro do go heyi ɖafa avi vevie. Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dze fewuɖuɖu le eŋu, eye wonɔ eƒom hã. Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.” Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ. Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee. Wogblɔ be, “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o, eye ne mebia nya aɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o. Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Amegbetɔ Vi la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime.” Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔm be Mawu Vie yenyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Miawoe le egblɔm be Nyee.” Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me!”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ ha blibo la katã tso hekplɔ Yesu va Pilato gbɔ. Esi woɖo afi ma teti ko la, wode asi enutsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Kristo si nye fia si gbɔna la.” Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.” Pilato trɔ ɖe nunɔlagãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.” Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!” Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe, “Galileatɔ wònyea?” Ke esi wòse be Yesu tso Herod ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖe Herod, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me. Herod kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe, eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã, ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ dzesi aɖe yeakpɔ. Herod bia nya geɖewo Yesu, ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ. Herod kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene, eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. Tso gbe ma gbe la, Herod kple Pilato, ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo. Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui, eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dze sii kɔtɛe be ame sia medze agɔ aɖeke o. Herod hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o. Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo, eye maɖe asi le eŋu.” [ Azɔ ele na Pilato be wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi.] Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” (Barabas sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã.) Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu. Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!” Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka ta wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia, eye maɖe asi le eŋu, elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.” Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woaklã Yesu ɖe ati ŋu. Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi, eye wòtso kufia na Yesu. Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu. Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii. Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome. Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo. Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime woagblɔ be, ‘Woayra konɔwo kple dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena notsi kpɔ o la!’ Ekema “ ‘amegbetɔwo agblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi!” eye wogblɔ na togbɛwo be, “Mitsyɔ mía dzi!” ’ Megblɔ esia, elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?” Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii. Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoliƒe” la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame. Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae. Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã.” Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano, eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.” Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia. Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo hã le atitsoga la ŋue.” Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fɔbubu ma ke tea? Míawo ya tohehe sia dze mí, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.” Le ɣeyiɣi sia me la, eƒo ga wuieve lɔƒo, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. Ɣe ƒe keklẽ bu, eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve. Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo. Esi Romasrafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe, ale wòkafu Mawu gblɔ be, “Le nyateƒe me, ame sia medze agɔ aɖeke o.” Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom. Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu siwo dze eyome tso Galilea la tsi tsitre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm. Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe, ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o. Ewɔ esia le Fiɖagbe ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na Dzudzɔgbe ŋkekea ɖuɖu. Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo, eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo. Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua. Gake esi wowu ami ʋeʋĩwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Dzudzɔgbe ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to, gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o. Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome. Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome? Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be: ‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ” Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi. Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã. Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo. Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me. Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie. Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene. Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo. Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi. Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o.” Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu. Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe. Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.” Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?” Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo. Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me. Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ. Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?” Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo. Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!” Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo. Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.” Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole. Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.” Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa. Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ eɖum la, wonɔ ekpɔm! Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?” Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem. Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã. Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.” Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe. Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me. Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti! Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe! Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi. Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene. Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa? “Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo, ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã. Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze. Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.” Le esia ta mafa avi ado ɣli; maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu. Maxlɔ̃ abe amegaxi ene, eye mafa konyi abe adzexe ene, elabena Yuda ka abi makumaku. Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke, va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã. Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o. Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe ke me le Bet Ofra. Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me; mi Zaanantɔwo miadzo o. Bet Ezel le konyi fam eya ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o. Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke, gake vevesese koe le wo lalam, elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va keke Yerusalem ƒe agbo nu. Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò. Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ. Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo. Mi ame siwo le Maresa, makplɔ aʋakɔ aƒu mi, woaɖu mia dzi, ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam. Lũ ta kolikoli nàfa konyi elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe. Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene, elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi. Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe. Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe; ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ. Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la, woxɔnɛ le esi. Ale mietea ŋu xɔa amea kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi, “Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o. Miate ŋu agazɔ dadatɔe o elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃. Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu, eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be: ‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo. Yehowa xɔe le asinye. Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’ ” Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o. Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be: “Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o elabena ŋukpe mava mía dzi o.” O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae? “Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea? Ɖe esiawo tso egbɔa? “Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa? Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe woƒe futɔ ene. Mieɖe awu xɔasiwo le ame siwo va le eme tsom le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene. Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ me la le woƒe aƒe nyuiwo me. Miexɔ nye yayra le wo viwo si tegbee. Mitso ne miadzo le afi sia, elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o; elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe, ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o. Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.” “O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene. Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvu ayi le nye amewo ŋu ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti. Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.” Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti. Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o; viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o. Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi. Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.” Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃. Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe. Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi. Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.” Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene. Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta eye amewo aƒo zi ɖe eŋu. Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava. Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o. Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe. Yehowa be, “Le ŋkeke ma dzi la, maƒo tekunɔwo, aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu. Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee. Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.” Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea? O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me. Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.” Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o, eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o. Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene. “Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
O aʋawɔlawo ƒe du. Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu elabena futɔwo ɖe to ɖe mí. Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula. “Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.” Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me. Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti le xexea me godoo. Eyae anye woƒe ŋutifafa. Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto míaƒe mɔ sesẽwo me la, ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti kple kplɔla enyi be woakplɔ mí. Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi. Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene. Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o. Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋuti eye àɖu wò ketɔwo katã dzi. Yehowa be: “Le gbe ma gbe la, matsrɔ̃ miaƒe sɔwo eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo Magbã wò duwo eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi. Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi eye màgasa gbesa azɔ o. Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo eye magbã wò legba siwo nèwɔ kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o. Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi eye magbã miaƒe duwo. Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ: “Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. “Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu. “O, nye dukɔ, nu ka mewɔ wò? Fu ka meɖe na wò? Ɖo eŋu nam! Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi. Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.” Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume? Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa? Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã? O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Nu ka Yehowa di tso asiwò? Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me. “Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm. Ame si vɔa wò ŋkɔ la, nunyalae. Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa. O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea? Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua? Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa eye amebeble le aɖe dzi na wo. Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò, agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta. Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi. Àƒã nu, ke màŋe nu o; àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o; àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o. Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o. Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi. Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o. Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia. Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna. Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ. Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o. Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o. Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa. Mele lalam na Mawu, nye Ɖela. Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã. O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o; togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ ɖe tsitre! Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã, Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli. Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye. Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene. Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna. Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria kple Egipte ƒe duwo me ava eye ɖewo atso Egipte va se ɖe keke Frat tɔsisi la nu. Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa. Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta. O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti, alẽha si nye wò domenyinu; alẽha si nɔ eɖokui si le avewo me kple lãnyiƒe damawo dzi. Na woaɖu gbe damawo le Basan kple Gilead abe tsã ene. “Abe ale si wònɔ le ŋkeke siwo me nèdo go tso Egipte ene la, mafia wo nye nukunuwo.” Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi. Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã. Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti. Àgakpɔ nublanui na mí, atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke! Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome. Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli. Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu. Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe. Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be: Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi. Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu. Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.” Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na ameawo be, “Mehiã kpeɖeŋutɔ! Mienye agba gã aɖe nam be nye ɖeka matsɔ, elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti? Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.” Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.” Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu. Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã. Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’ Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.” Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi. Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí. Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.” Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.” Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me. Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime. Wotsɔ afi ma ƒe kutsetse aɖewo gbɔe. Wotsɔ wo vɛ na mí eye wogblɔ be, “Míedze sii enumake be anyigba nyui aɖe ŋutɔe Yehowa, míaƒe Mawu la na mí.” Ke ameawo gbe be yewomayi anyigba la dzi o, eya ta wotsi tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ɖoɖo ŋuti. Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí. Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ” Ke megblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene. Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!” Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o, evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me. Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be, “Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.” Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o! Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ. Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi. Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe. Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’ ” Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ. Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma. Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o. Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Míetrɔ, gbugbɔ to gbegbe la heɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ, elabena nenemae Yehowa ɖo nam. Míetsa tsaglalã le Seir to la gbɔ ƒe geɖewo. Mlɔeba la, Yehowa gblɔ nam be, “Mienɔ to sia ŋu wòdidi. Mitrɔ ɖo ta anyiehe lɔƒo. Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie. Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o. Mixe fe na wo ɖe woƒe nu si miaɖu kple woƒe tsi si ŋu dɔ miawɔ la ta.” Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o! Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la. Yehowa míaƒe Mawu de se na mí be, “Migaho aʋa ɖe Moabtɔwo hã ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo!” “Emitɔwo nɔ afi ma tsã. Wonye dukɔ gã aɖe, eye wodzɔ atsu abe Anak ƒe viwo ene. Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo. Horitɔwoe nɔ Seir tsã, ke Edomtɔwo, Esau ƒe dzidzimeviwo nya wo hexɔ wo teƒe abe ale si Israelviwo ava xɔ Kanaantɔwo, ame siwo ƒe anyigba Yehowa tsɔ na Israelviwo la teƒe ene. “Yehowa gblɔ be, ‘Mitso Zered tɔʋu la azɔ,’ eye míetsoe. “Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ- enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi. Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku. “Le esia megbe la, Yehowa gblɔ nam be, ‘Egbe la, Israelviwo ato Moab nyigba ƒe liƒo dzi le Ar, age ɖe Amonitɔwo ƒe anyigba dzi. Ke migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo.’ “Refaimtɔwo nɔ afi ma hã kpɔ. Amonitɔwo yɔ wo be Zanzumitɔwo. Wonye dukɔ gã sesẽ aɖe, eye wokɔ abe Anaktɔwo ene. Ke Yehowa tsrɔ̃ wo esime Amoritɔwo va anyigba la dzi, eye woxɔ wo teƒe. Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo. Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.” “Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me. Tso gbe ma gbe dzi la, mana anyigbadzitɔwo katã nade asi dzodzo me nyanyanya le mia vɔvɔ̃ kple miaƒe afi ma ɖoɖo ta.” “Tso Kedemot gbegbe la, meɖo ame dɔdɔwo ɖe Fia Sixɔn le Hesbon be míawɔ ŋutifafa kple eƒe amewo. Míebia be, ‘Na míato wò anyigba dzi ayi. Míanɔ mɔ gã la dzi ko; míage ɖe miaƒe agblewo me le ɖusime loo alo miame o. Míafi miaƒe nuɖuɖu ne míele eme tsom o, ke boŋ míaxe fe ɖe miaƒe nu si míaɖu kple miaƒe tsi si míano la ta. Nu si biam míele koe nye be míato wò anyigba dzi ayi.’ Edomtɔwo ɖe mɔ na mí le Seir míeto woƒe anyigba dzi. Moabtɔwo hã wɔ nenema ke na mi le Ar. Míele mɔ dzi be míatso Yɔdan, ayi anyigba si Yehowa míaƒe Mawu tsɔ na mí la dzi.” Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene. Azɔ la, Yehowa gblɔ nam be, “Medze Fia Sixɔn ƒe anyigba tsɔtsɔ na mi gɔme. Ne miexɔe la, azu Israelviwo tɔ tegbetegbe.” Eye Sixɔn kple eƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yahaz. Ke Yehowa, míaƒe Mawu la na míeɖu wo dzi, xɔ woƒe duwo katã. Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o, negbe woƒe nyiwo ko. Míetsɔ woƒe nyiwo abe míaƒe fetu ene kpe ɖe afunyinu siwo míelɔ tso woƒe du siwo míexɔ me la ŋu. Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí. Ke míegblẽ Amonitɔwo kple Yabok tɔsisi la kple du siwo le tonyigba la dzi kple teƒe siwo me Yehowa, míaƒe Mawu, de se na mí be míagage ɖo o la ɖi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei. Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.” Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob. Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã. Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo. Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ. (Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei. (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.) Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo. Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.” Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene. Metsɔ Gilead na Makir ƒe hlɔ̃. Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina. Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu. Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ. Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.” Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo. Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.” Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be, “Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi? Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.” Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o, ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o. Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.” Míetsi bali la me le Bet Peor kasa.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam. Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi. Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome. Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe. “Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi. Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’ Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene? Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene? Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome. “Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’ Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la. Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise. Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi. Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.” “Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o, alo wòɖi lã aɖe le anyigba dzi alo xevi dzodzoe aɖeke loo alo lã sue si ƒua du le anyigba alo tɔmelã o. Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o. Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe. Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o. Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi. Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu. Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu. “Ne mieva nɔ anyigba la dzi eteƒe didi, ne miedzi mia viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo to legbawo wɔwɔ me, eye Yehowa miaƒe Mawu la do dɔmedzoe ɖe mia ŋu kaɖikaɖi le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o. Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o. “Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo. Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ, elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.” “Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã. Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali! Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume. Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o. Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. “Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia. Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene. Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o! Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.” Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie. Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo. Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo, esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo. Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ kple Arabanyigba la katã, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe yi Dzeƒu la nu, le Pisga to la te.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be, Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi! Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ. Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi. Nya siwo wògblɔ la woe nye: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o. Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me, ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi. Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. Mègawu ame o. Mègawɔ ahasi o. Mègafi fi o. Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.” Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam. Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye, eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o. Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí. Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe? Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.” Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi. O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me! “Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me. Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.” Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ. Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be matsɔ se siawo katã na mi, miawɔ ɖe wo dzi le anyigba si dzi yi ge miala fifia, eye mianɔ la dzi. Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ, eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene. O! Israel, ɖo to: Yehowa míaƒe Mawu la, Yehowa ɖeka koe. Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me. Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu, eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le wò aƒe me! Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò, du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o. Ne èɖi ƒo la, mègaŋlɔ Yehowa, wò Mawu la vɔvɔ̃ kple esubɔsubɔ be o. Wɔ eya ko ƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me. Mele be nàsubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wò la ƒe mawuwo o, elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume. Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o. Ele be nàwɔ eƒe sewo katã dzi. Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo. Hekpe ɖe esia ŋu la, ànya ame siwo le anyigba la dzi ɖa abe ale si Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ene. Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?” hã la, ele be nàgblɔ nɛ be, “Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo. Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí. Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene, elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o. Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko. Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo, elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia. Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome! Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi. Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo. Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi. Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi. Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi! Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò. Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?” Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia. Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃. “Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye. Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò. Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃. Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo. Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la. Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ele be miawɔ ɖe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Ne miewɔ wo dzi la, miatsi agbe ɖeɖe ko o, ke boŋ miadzi sɔ gbɔ, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo. Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi. Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me. To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o. Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene. “Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le. Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi. Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me. Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta. “Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o. Ne mieɖu nu ɖi ƒo, nuwo dze edzi na mi, mietu xɔ nyuiwo, miaƒe lãwo dzi, eye miaƒe klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi la, ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o. Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me! Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi. Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi. Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo, abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo. Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome. Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi. “Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo. Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe. Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.” Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me. Mieɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe nɛ le Horeb to la gbɔ dzi oa? Enɔ klalo be yeatsrɔ̃ mi. Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o. Yehowa tsɔ kpe kpakpa eve siwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam. Se siwo katã Yehowa de na mí le toa dzi to dzo me le miaƒe takpegbe la le wo dzi. Le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe kpakpa eveawo, nubabla ƒe kpe kpakpawo nam. Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae. Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ. Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.” Metrɔ gbɔ tso to bibi la dzi le esime melé kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ eƒe seawo ɖo la ɖe asi. Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ! Esia ta metsɔ kpe eveawo do ɖe dzi, eye mexlã wo ɖe anyi sesĩe! Megbã wo le mia ŋkume! Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ. Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã. Aron ɖo xaxa gã aɖe me, elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe eŋu ŋutɔ. Ke medo gbe ɖa, eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ. Metsɔ miaƒe nu vɔ̃ si nye nyivi si miewɔ la, medee dzo me, tui memie wòzu ʋuʋudedi, eye metsɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu si dzɔ tso toa dzi la me. Miegado dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, emegbe le Masa, eyome le Kibrot Hatava. Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe. Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi, eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene mawo me esime Yehowa di be yeatsrɔ̃ mi. “Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ. Ɖo ŋku wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Yakob dzi. Mègaɖo ŋku ame siawo ƒe kɔlialia kple woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo dzi o. Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’ Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Yehowa gblɔ nam ɣe ma ɣi be makpa kpe eve bubu abe gbãtɔwo ene, matsɔ ati akpa aɖaka aɖe si me woatsɔ kpe eveawo adzra ɖo la, eye matrɔ ava ye, Mawu gbɔ le toa dzi. Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me. Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi. Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te. Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene. “Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe. “Wozɔ mɔ yi Gudgoda heyi Yotbata, afi si tsi bɔ ɖo. Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene. Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu. Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o. “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ” “Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo, eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò? Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ. Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene, eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ. “Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o. Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo. Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ. Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi. Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ. Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi. Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o. Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o. Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o! Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o. Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o! “Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe, eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe. Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’ Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o. Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye, anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me! “Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la, ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ. Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie. “Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o. Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi, eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu! Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu, ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi. “Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la, ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã! Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu. Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu. “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia. Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi, ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo. Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi! Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le. Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi. Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi. “Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te. Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o. Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o, ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome. Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi. Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta. “Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o, elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi. Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la, ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene. Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o. “Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o; misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi. Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa. Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene. “Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o. Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me. Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi. “Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃. Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene. Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene, gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o. Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene. Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa. Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma. Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke. Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm. “Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi. Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o. Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me. “Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me, ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la, migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu. “Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome. Ne nɔviwò ŋutsu, viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, srɔ̃wò lɔlɔ̃a, alo xɔwò vevitɔ kekeake si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene agblɔ na wò le adzame be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo (mawu siwo miawo ŋutɔ kple mia fofowo mienya o, dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la), migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o. Miwui! Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eye ame bubuawo katã ƒe asi akpe ɖe ŋuwò. Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ. Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o. “Ne miele du siwo Yehowa miaƒe Mawu na mi me, eye miese be yakame aɖewo tso miaƒe dukɔ me kplɔ miaƒe dumetɔ aɖewo trae be, ‘Woasubɔ mawu siwo miesubɔ kpɔ o’ la, miku nya la gɔme nyuie. Ne enye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi sia va eme la, ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu. Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o. Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene. Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. “Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃, zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi. Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna. Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo. Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o. “Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃, doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe, akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe, golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe, ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi, aluge, akaga kple tsimese, damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro. “Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la. “Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” “Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ. Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me. Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la, ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la. Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo. “Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o. “Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me. Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Le ƒe adrelia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, woate fli ɖe fe sia fe me. Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame. Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi. Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ. Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o! “Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o. Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e. Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la nɛ, eye mègafa konyi tso eŋu hã o! Elabena Yehowa wò Mawu ana nuwo nadze edzi na wò le nu sia ta! Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.” “Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ wò ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me. Mègana wòayi asi ƒuƒlu o! Do mɔe kple lã aɖewo tso wò lãha la me kple ami tso wò amiɖaƒe kple wain tso wò wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa wò Mawu ayra wòe la nu. Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi. “Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la, ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã. Ne èɖe asi le kluvi aɖe ŋu la, mègana wòave wò o, elabena ɖo ŋku edzi be kluvi ɖeka ma wɔ agbatedɔwɔla eve ƒe dɔ na ye le ƒe adeawo me! Yehowa, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã ɖe esi nèna ablɔɖe wò kluvi la ta!” “Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. Le esia teƒe la, ele be wò kple wò ƒometɔwo miaɖu lã siawo le Yehowa, wò Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la. Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe nɛ, eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ mɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa wò Mawu o, ke boŋ ɖui kple wò ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu lã sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o hã, abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene, gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me. Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la. Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me! Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o, ke boŋ nàɖui le teƒe si Yehowa wò Mawu atia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Tsɔ lã la sa vɔe le afi ma le ŋkekenyui la ƒe fiẽ me ne ɣe ɖo to. Me lã la, eye nàɖui le afi si Yehowa wò Mawu atia na wò. Ɖo ta aƒe me le fɔŋli. Le ŋkeke ade siwo adze eyome me la, màɖu abolo ʋaʋã aɖeke o, ke le ŋkeke adrelia gbe la, du sia du me tɔwo akpe ta ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mègawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.” “Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la, àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu. Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eya ta kpɔ be yewɔ se sia dzi.” Ne nuŋeɣi wu nu la, àgaɖu ŋkekenyui bubu si nye Agbadɔmeŋkekenyui, ŋkeke adre sɔŋ, ne èklẽ wò bli, eye nèfia wò wain vɔ. Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me. Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe. Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Na nu abe ale si nàte ŋui ene le ale si Yehowa miaƒe Mawu yra wòe la nu. Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me. Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso. Ele be nàkpɔ egbɔ be wolé nya dzɔdzɔe ko ɖe te. Mɔ sia nu ko nàto hafi akpɔ dzidzedze le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Mègaɖi aƒeli aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa, wò Mawu la ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, aɖi gbɔ̃e gbeɖegbeɖe o, eye mègali aƒeli aɖeke hã o, elabena Yehowa miaƒe Mawu lé fu wo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene. “Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la, ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã. Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku. Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko. Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.” “Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe, na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me. Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui. Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ. Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome. Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.” “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’ Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o. Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’ Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o. “Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me. Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me. Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii. Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo! Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo. Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti, elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime. “Ne Levitɔ aɖe tso miaƒe du aɖe me le Israel ƒe akpa sia akpa, afi si wòle koŋ, eye wòyi teƒe si Yehowa tia la nyateƒe me la, ate ŋu asubɔ le Yehowa, Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Levitɔ bubuawo katã siwo subɔna le afi ma le Yehowa ŋkume ene. Ele be woatsɔ vɔsanuwo kple nunana bubuawo nɛ, abe nu si dze be woatsɔ nɛ la ene, eye menye ne nu siawo le ehiãm la ko o.” “Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o. Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o. Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa. Ele be nàzɔ ale be fɔɖiɖi aɖeke manɔ wò zɔzɔme ŋu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume o.” Dukɔ siwo katã ƒe teƒe nàxɔ la ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo, ke Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ na wò ya be nàwɔ nu mawo o. Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo Israelviwo dome abe nye ene. Ele be nàɖo to ame sia, elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o. Yehowa gblɔ nam be, “Enyo; mawɔ wo biabia dzi na wo. Maɖo nyagblɔɖila aɖe na mi tso mia dome wòanye Israelvi abe wò ene. Magblɔ nu si wòagblɔ la nɛ, eye eyae anye nye nyasela kple nyagblɔla na ameawo. Nye ŋutɔ mahe to na ame sia ame si maɖo toe, awɔ nye nya si wòagblɔ nɛ la dzi o. Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.” Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?” Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne Yehowa, wò Mawu la tsrɔ̃ dukɔ siwo teƒe xɔ ge nàla, eye ne èle woƒe duwo kple aƒewo me la, ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò. Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma. “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie. Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o. Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò. “Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò. Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe. Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o. “Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la, eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui. Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi. “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.” “Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃. Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu vɔ̃ esime amea mewɔ nu vɔ̃ la o la, na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume. Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la, woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. “Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò. Hafi miakpe aʋa la, na nunɔla aɖe natsi tsitre ɖe Israelviwo ƒe aʋakɔ la ŋgɔ, eye wòagblɔ be, ‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o! Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’ “Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu! Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la! Ɖe mia dometɔ aɖe bia nyɔnu ta ŋkeke siawo mea? Ekema amea natrɔ ayi aƒe me, eye wòaɖe nyɔnu la. Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ŋutsu bubu aɖe sãa aɖe nyɔnu si ta wòbia. Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’ “Ne aʋakplɔlawo wu nya siawo gbɔgblɔ na ameawo nu la, woaɖe gbeƒã aʋafiawo ƒe ŋkɔwo.” “Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta. Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo. Ne wogbe be yewomawɔ ŋutifafa kple wò o la, ekema ele be nàɖe to ɖe dua. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ du la de asi na wò la, ekema ele be nàwu ŋutsu ɖe sia ɖe le dua me, ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo. Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu. “Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe. Na woatsrɔ̃ Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ, abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. “Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o. “Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o! Ke tso ati siwo ƒe kutsetsewo womeɖuna o la ƒu anyi; woatsɔ wo awɔ atrakpuiwo kple nu siwo ŋu dɔ nàwɔ le aʋa la wɔwɔ me.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la, ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la, ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma. “Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi, eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o. O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’ Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.” “Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi, eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la, kplɔe yi wò aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe, aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee. Ke ne èɖee vɔ hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe wò ŋutɔ wò kluvi hã o, elabena ède asi eŋu xoxo.” “Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la, mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o. Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.” “Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la, ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, agblɔ be, ‘Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.’ Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo. “Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la, mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ. Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ. Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo. “Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu! “Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la. “Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o. Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta. “Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o. “Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo. “Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o. “Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o. “Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.” Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la, ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo. Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la, eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o. Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome. Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel. Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la, woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu. Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko. Womawu nyɔnu la ya o, elabena woate ŋu axɔe ase be edo ɣli, gake ame aɖeke menɔ gbedzi le dua godo axɔ nɛ o. Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la, ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o. Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ ade asi fofoa ƒe ahosi ŋu o, elabena fofoa srɔ̃e wònye kpɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ŋutsu si ƒe voku gbã alo ŋutsu si ƒe ŋutsu wolã la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. Ahasivi aɖeke ŋutɔ alo eƒe dzidzimevi siwo anɔ dzidzime gbãtɔ va se ɖe ewolia dzi me la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. “Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o. Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí. Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí. Ŋkeke ale si miele agbe la, mele be miana kpekpeɖeŋu aɖeke Amoritɔwo kple Moabtɔwo akpɔ o. Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ. Egiptetɔwo ƒe dzidzimevi siwo va kpli mi la kpɔ mɔ age ɖe Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la.” “Ne mieyi aʋa la, ŋutsu siwo le asaɖa la me la mekpɔ mɔ awɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Ele be ŋutsu ɖe sia ɖe si gblẽ kɔ ɖo na eɖokui to ŋutsutsinyenye me le zã me la nado le asaɖa la me, anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to. Woawɔ afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo. Ele be sofi nanɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si. Ne ede afɔdzi la, ele be wòatsɔ sofi la, eye wòaku ke atsyɔ afɔdzi la dzi. Ele be asaɖa la me nanɔ kɔkɔe, elabena Yehowa miaƒe Mawu zɔna le mia dome be yeadzɔ mia ŋu, eye yeana miaƒe futɔwo nade ta agu na mi. Yehowa medi be yeakpɔ nu nyɔŋu aɖeke ne yeatrɔ adzo le mia gbɔ o.” “Ne kluvi aɖe si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ la, mègazi edzi be wòatrɔ ayi eƒe aƒetɔ gbɔ o. Na wòatsi mia dome le du si me wòadi be yeanɔ eye mègatee ɖe anyi o. “Ŋutsu alo nyɔnu si nye gbolo la mekpɔ mɔ anɔ Israelnyigba dzi o. Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la. “Mègaxɔ deme ɖe nu si nèdo na nɔviwò, Israelvi la ta o, eɖanye ga, nuɖuɖu alo nu bubu ɖe sia ɖe o. Ele be nàxɔ deme le amedzro si, gake menye le Israelvi aɖeke si o, elabena ne èxɔ deme le nɔviwò Israelvi si la, Yehowa, wò Mawu la mayra wò ne èɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o. “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃. Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o. Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na. “Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o. Se ma kee le bli hã ŋuti; àte ŋu atsɔ asi aŋe bli ʋɛ aɖewo, gake mègatsɔ nuŋehɛ aŋe hawòvi ƒe bli o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae. Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la, srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.” “Se meɖe mɔ be woaxɔ wɔtute abe awɔbanu ene o, elabena eyae nye dɔwɔnu si naa nuɖuɖu ame si tɔ wònye. Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome. “Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo. Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi. “Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o. Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. Ne amea da ahe, eye wòtsɔ eƒe avɔ na wò abe awɔbanu ene la, mele be nàtsyɔ avɔ la amlɔ anyie o. Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò. “Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o. Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.” “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta. “Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o. Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi. Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò. Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo. Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsu eve dome la, ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ nya la na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye wòabu fɔ ame si tɔ medzɔ o. Ne ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ be ele be woaƒo agɔdzela la, ekema ana agɔdzela la namlɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume ati xexlẽme ale si dze na agɔdzedze la. Woaƒoe zi blaene ko, ke mawu nenema o. Ne woƒoe wu nenema la, tohehe la asẽ akpa, eye wòaɖi gbɔ̃ nɔviwò le wò ŋkume. “Mègade ga nu na nyitsu si le agble me le dɔ wɔm o.” “Ne ŋutsu aɖe nɔviŋutsu ku, eye vi aɖeke mele ame kuku la si o la, ahosi la mekpɔ mɔ aɖe srɔ̃ tso ƒome bubu me o, ke boŋ srɔ̃a kukua nɔviŋutsu naɖee, eye wòadɔ egbɔ. Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o. Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’ “Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la, ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’ Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’ “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye ɖeka srɔ̃ va de srɔ̃a dzi helé ŋutsu kemɛ ɖe asi na srɔ̃a la, ekema woalã nyɔnu la ƒe asi ɖa. Mègakpɔ nublanui nɛ o.” “Nudakpe eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede tututu o la, meganɔ kotoku me na wò o. Nenema ke dzidzeka eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede o la, meganɔ asiwò o. Ke boŋ wɔ nudakpe kple dzidzeka siwo de tututu la ko ŋu dɔ, ale be wò ŋkekewo nasɔ gbɔ le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. Ame siwo katã baa wo nɔviwo to nudanu kple dzidzeka mademadewo ŋu dɔ wɔwɔ me la nye ŋunyɔnu le Yehowa, wò Mawu ŋkume. “Mele be nàŋlɔ nu si Amalekitɔwo wɔ mi esi miegbɔna tso Egipte la be gbeɖegbeɖe o. Ɖo ŋku edzi be wowɔ aʋa kpli mi, eye wowu ame siwo ŋu ŋusẽ vɔ le, ame siwo ŋu ɖeɖi te kple ame siwo tsi megbe. Womesro Mawu ɖa alo vɔ̃e o, eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la, ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la. Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’ Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte. Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí. Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe. Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la, ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí. Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu vɛ na wò.’ Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu nɛ. Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me. “Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie. Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o. Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo hã o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam. Kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na mí abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ ”  “Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, wò Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi wò blibo. Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ. Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi. Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi. “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo, eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene. “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo. Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o. Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi. “Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume. Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.” Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ, eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.” Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke. “Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo, eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo. Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be, “Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me, eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe. Woayra wò le du me kple agble me siaa. Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi. Woayra wò kusi kple wò amɔze. Woayra wò ne èva aƒe me kple ne èdo go. “Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò! Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene. Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku. “Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene. Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o. Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi. Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.” “Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò. Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò. Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu. Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu. Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go hã aɖi ŋuwò. “Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta. Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume. Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi. “Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò. Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ wò. “Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome. Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o. “Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o. Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò; àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o. “Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo. Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o. Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o. Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi. Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu. Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme. “Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe. Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe. “Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo. Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo. Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò gɔ̃ hã o. Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò. Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo. Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi, le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike! “Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta. Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò. Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta, Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii. “Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene. Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ. Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi. Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me. Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu. Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta. Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o. Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ. “Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la, ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi. Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi. Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi. Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o. Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi, elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o! Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ. Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o. Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta. Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi. Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte. Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo, gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o! Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o! Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm. Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi; míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene, eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi. Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã, vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea. Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me. Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene. Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o, ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã. Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi. Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika. Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene. Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi. Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi. Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi. Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene. Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?” Woagblɔ na wo be, “Elabena anyigba la dzi tɔwo gbe nubabla si Yehowa, woƒe tɔgbuiwo ƒe Mawu la wɔ kpli wo esi wòkplɔ wo dzoe le Egipte la dzi wɔwɔ, elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu. Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu. Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.” Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome, eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me. Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã. Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe. Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi. Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene. Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.” “Menye ɖe se siwo dem mele na mi egbea la dzi wɔwɔ mele miaƒe ŋutete me o, elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o. Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o. Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi. “Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu. Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi. Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la, ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o. “Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe! Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Mose wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o. Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene. Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene. Yehowa atsɔ ame siwo le anyigba la dzi la ade asi na mi, eye miatsrɔ̃ wo abe ale si meɖo na mi ene. Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.” Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be, “Kpɔ ŋusẽ! Lé dzi ɖe ƒo, elabena wòe akplɔ ame siawo ayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo tɔgbuiwo la dzi. Kpɔ egbɔ be woxɔ anyigba la. Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.” Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã. Mose bia tso wo si be, “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, ɣeyiɣi si woɖo da ɖi be woatsɔ fewo ake, le Agbadɔmenɔŋkekenyui dzi, esime Israelviwo katã ado ɖe Yehowa, Mawu ŋkume le teƒe si eya ŋutɔ atia la, ele be nàxlẽ se siawo na Israelviwo katã woase.” Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi. Wɔ esia ale be miaƒe ɖevi sue siwo menya se siawo o la, woase wo, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkeke ale si mianɔ ŋugbedodonyigba la dzi.” Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume. Yehowa ɖe eɖokui fia wo le lilikpo gã aɖe me le agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me. Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’ Magbugbɔ le wo yome le woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ to mawu bubuwo subɔsubɔ me la ta. “Azɔ la, ŋlɔ ha sia ƒe nyawo da ɖi, eye nàfia Israelviwo abe nye nuxlɔ̃ame na wo ene. Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me, eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.” Ale Mose ŋlɔ ha la ƒe nyawo da ɖi, eye wòfia ha la Israelviwo. Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.” Esi Mose wu se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me ŋɔŋlɔ nu la, eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be, “Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe? Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu. Menya be le nye ku megbe la, miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo keŋkeŋ, eye miaɖe asi le Mawu kple eƒe seawo ŋu. Ale le ŋkeke siwo gbɔna me la, dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe mia dzi, elabena miawɔ nu si Yehowa gblɔ be enye nu vɔ̃, eye miado dɔmedzoe nɛ vevie.” Le esia megbe la, Mose gblɔ ha sia me nyawo katã na Israelviwo ƒe ha blibo la be:
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba! Miɖo to nye nyawo! Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene. Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu! Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o. Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae. Meganye Mawu tɔ o. Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃. Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua? O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le. Ɖe menye Mawue nye fofowò oa? Menye eyae wɔ wò oa? Ɖe meɖo gɔwòme anyi, hena ŋusẽ wò oa? Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi! Bia fofowòwo kple amegãxoxowo, woagblɔ nya sia nya na wò. Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ. Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ! Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene. Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene! Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o. Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu ena anyitsii tso agakpe me amii tso kpenyigba me! Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ. Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu. Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta; eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta. Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o. Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu ŋlɔ be be Mawue wɔ ye. Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe. Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa; ènye dzidzime si liaa kɔ Mawudzixɔse mele mewò o. Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu. Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo. “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi matee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi. Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ nana agbe navɔ le eŋu. Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa, woavuvui kple aɖu. Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana la ɖe wo dome kple aɖi siamewo. Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo. Maka eƒe amewo ahlẽ ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o. Ke mebu eŋu hekpɔ be, Nye futɔwo aƒo adegbe be, ‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi; Menye Yehowae wɔ esia o!’ ” Israel nye abunɛdukɔ aɖe bometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ. O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu! Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o? Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe mele abe míaƒe Agakpe la ene o; gbedodoɖa na woƒe mawuwo nye nu dzodzro ko! Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo eye Gomora gblewo me wotso. Woƒe waintsetse nye aɖi, eye wo me tsi vena. Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo kple ƒli ƒe veve. Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ; metre enu abe kpe xɔasiwo ene ɖe nye nudzraɖoƒe. Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo! Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o. Ekema Mawu abia be, Afi ka woƒe mawuwo le? Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe? Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na kple lãmi kple wain le azɔ? Mina mawu siawo natsi tsitre, axɔ na wo! Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o. Zi ale si wònye nyee Nye Mawu gbagbe la la, Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe be manyre nye yi dadzo la, Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo ahe to na ame siwo lé fum. Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu nye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye. Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o; abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku. Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo, ehea to na eƒe amewo wulawo; ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwo etsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo. Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo. Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la, egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo. Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.” Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be, “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa. Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene, esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta. Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku: “Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime. Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò. Wò se siwo mede na wo la, esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu. Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta. “Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!” Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.” Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ. Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã. Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi. O! Yehowa, yra Levitɔwo kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ siwo wowɔna na wò la ŋu. Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi na womagafɔ gbeɖe o.” Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye ele dedie le egbɔ Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe, ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be, “Yehowa nayra eƒe anyigba kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo kple esiwo tso anyigba ƒe tume. Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo tso esiwo ɣe nana wotsina la dome wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi, Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome. Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.” Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ. Woawoe akpe amewo be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo. Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.” Mose gblɔ tso Gad ŋu be, “Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo, Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene be yeavuvu abɔ kple ta. Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo na wo ɖokuiwo; wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo. Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.” Mose gblɔ tso Dan ŋu be, “Dan le abe dzatavi si le kpo tim tso Basan ene.” Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.” Mose gblɔ tso Asar ŋu be: “Woayra Aser wu to bubuawo katã; wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo, amiti geɖewo amie na wò. Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me! Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò. Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’ Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo. Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la. Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa. “Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.” Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o. Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu. Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu. Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la, elabena ame aɖeke meɖe ŋusẽ triakɔ sia fia alo wɔ nu dziŋɔ siwo Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume kpɔ o.