Audio,Transcript https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PHM/1-b1f57ed57dc2abfb57288f61aef09ca8.mp3?version_id=1613,"Agbalẽ sia tso nye, Paulo si le ga me ɖe Kristo Yesu ta kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ, Na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò, elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kple ame kɔkɔeawo katã ŋu. Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo. Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem, elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me. Eya ta togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si dze be nàwɔ hã la, medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegãxoxo kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii. Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa. Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii. Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi. Ke nyemedi be mawɔ nenema ne mèlɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nànyo dɔ me nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye. Ɖewohĩ, anyo be nàbu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, wòazu tɔwo tegbee. Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã. Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò. Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye. Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye! Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me. Meŋlɔ agbalẽ sia na wò, elabena meka ɖe edzi be àwɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã! Meɖe kuku be nàdi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa, eye woana mava mia gbɔ kpuie. Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la do gbe na mi. Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/OBA/1-0b38545cccc1a7e8e8697b00bb8a7129.mp3?version_id=1613,"Ŋutega si Obadia kpɔ. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi: Míese gbe tso Yehowa gbɔ be, wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be, “Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!” “Edom, kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie. Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’ Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene eye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la, matutu wò aƒu anyi tso afi ma.” Yehowae gblɔe. “Ne fiafitɔwo va fi wò, eye adzodalawo va dze dziwò le zã me hefi wò nuwo ɖe, womagblẽ nanewo ɖi na wò oa? O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm! Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe, ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã? Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia, woagblẽ eƒe kesinɔnu siwo wòdzra ɖo la katã dome. Ame siwo le dziwò la, anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke, xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò. Ame siwo ɖua wò abolo la, atre mɔ na wò, ke mànyae be mɔ le afi ma o. “Le ŋkeke ma dzi la, matsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edom eye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖa le Esau ƒe towo dzi.” Yehowae gblɔe. Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake le Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la, atsi yi nu. Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii. Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene. Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o. Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me, le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o eye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o. Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu be miawu woƒe aʋasilawo alo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asi le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o. “Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã. Ale si miewɔ Israel la, nenema kee woawɔ miawo hãe. Miaƒe nu vɔ̃ siwo miewɔ la atrɔ ava miaƒe tawo dzi. Abe ale si mienoe le nye to kɔkɔe la dzi ene la, nenema ke dukɔ bubuwo hã anoe tegbee; woanoe, aganoe eye wòanɔ abe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene. Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi eye wòanye kɔkɔeƒe. Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu. Yakob ƒe aƒe anye dzo, Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe eye Esau anye gbe ƒuƒu. Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ. Ame aɖeke matsi agbe le Esau ƒe aƒe me o.” Yehowae gblɔe. Azɔ dziehetɔwo atrɔ ava nɔ Esau ƒe towo dzi, ame siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi la axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo si eye Efraim kple Samaria azu wo tɔ. Ke Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ. Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la axɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke; Yerusalemtɔ siwo le aboyo me le Sefarat la ava xɔ du siwo le Negeb. Xɔnametɔwo ava Zion to la dzi eye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma. Fiaɖuƒe sia anye Yehowa tɔ!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/1-ec542e00c96c3fc64be8fea2999fd8d5.mp3?version_id=1613,"Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be, “Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie, eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’ Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o. Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea? Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ” Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi. Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe. Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.” Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.” Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, “Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi.” Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?” Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ. Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ, ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’ “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’ ” Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume. Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.” Yehowa gaɖe gbede ene fiam. Mebia be, “Nu ka wɔ ge wogbɔna?” Eɖo eŋu nam be, “Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/2-052ade56c0f02e7b843246fa74d4f83b.mp3?version_id=1613,"Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi. Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee. Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o. Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe. “ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe. “Va, O Zion! Si, wò ame si li kple Babilon vinyɔnu!” Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti. Nye la, makɔ nye asi dzi ɖe wo ŋuti kokoko, ale woƒe kluviwo aha wo. Ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm. “O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme.” Yehowae gblɔe. “Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem. Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/3-e96635ae8fc82902c581ffc8892613de.mp3?version_id=1613,"Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom. Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?” Azɔ Yosua le awu ƒoɖiwo me le tsitre ɖe mawudɔla la gbɔ. Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.” Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.” Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre. Yehowa ƒe dɔla la de se sia na Yosua, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome. “ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ. Kpɔ kpe si metsɔ ɖo Yosua ŋkume la ɖa! Ŋku adre li na kpe ɖeka sia. Maŋlɔ nu ɖe kpe la dzi, eye maɖe anyigba sia ƒe nu vɔ̃ ɖa le ŋkeke ɖeka me,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “ ‘Gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe akpe ehavi be wòava nɔ eƒe wainka kple gboti te.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/4-84015f4c588f63bc4bbd80af16c45862.mp3?version_id=1613,"Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene. Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me. Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miame.” Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?” Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?” Meɖo eŋu be, “Ao, nye Aƒetɔ.” Egblɔ nam be, “Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ” Tete Yehowa ƒe gbe va nam be, “Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. “Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.” Mebia mawudɔla la be, “Nu kae nye amiti eve siwo le ɖusime kple miame na akaɖiti la?” Megabia be, “Nu kawoe nye amiti ƒe alɔdze eve siwo le sika ƒe alɔ siwo me sikami dona tsona?” Eɖo eŋu be, “Mènya nu si wonye oa?” Megblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ.” Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/5-3f28a6e4f8c40bb5598b2995197171b2.mp3?version_id=1613,"Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame. Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.” Eye wògblɔ nam be, “Agbalẽ siae nye fiƒode si le tsatsam le anyigba la katã dzi. Agbalẽ la ƒe akpa ɖeka le gbɔgblɔm be woaɖe fiafitɔ ɖe sia ɖe ɖa, eye akpa evelia le gbɔgblɔm be, ame sia ame si kaa atam dzodzro la, woaɖee ɖa. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la zɔ va gbɔnye, eye wògblɔ nam be, “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si le yame gbɔna.” Mebiae be, “Nu ka wònye?” Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.” Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me! Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu. Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi. Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Afi ka wokɔ kusi la yinae?” Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/6-59e06ff39dea99d98a96beb6b27d2546.mp3?version_id=1613,"Megafɔ kɔ dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene wogbɔna tso to eve dome; to siawo le abe akɔbliga ene. Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem. Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ. Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye gbɔgbɔ ene siwo tso dziƒo, wonɔa anyigba la ƒe Aƒetɔ ŋkume ɖaa; ke azɔ la, edɔ wo ɖe dɔgbe. Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.” Esi sɔ sesẽawo do go la, wodze agbagba be woatsa le anyigba blibo la dzi. Egblɔ be, “Miyi miatsa le anyigba la katã dzi.” Ale woyi ɖatsa le anyigba blibo la dzi. Mawudɔla la yɔm gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, esiwo yi anyiehenyigba dzi la, wotsi nye dɔmedzoe nu le anyiehenyigba la dzi.” Yehowa ƒe gbe va nam be, “Xɔ klosalo kple sika le Heldai, Tobiya kple Yedaia, ame siwo gbɔ tso aboyome le Babilonia la si. Yi ɖe Zefania, Yosia ƒe vi hã ƒe aƒe me gbe ma gbe ke. Tsɔ klosalo kple sika la nàwɔ fiakuku, eye nàtsɔe aɖɔ na nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi. Gblɔ nɛ be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi. Esiae nye ŋutsu si ƒe ŋkɔe nye Atilɔ, adze tso enɔƒe, eye wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ. Eyae nye ame si atu Yehowa ƒe gbedoxɔ, woaɖo fianyenye ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, ekema fianyenye kple nunɔlanyenye awɔ ɖeka! Woatsɔ fiakuku la na Heldai, Tobiya Yedaia kple Hen, Zefania ƒe vi, abe ŋkuɖodzinu ene le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/7-8a5610a692649db860dbac2d8d1813d8.mp3?version_id=1613,"Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria. Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?” Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be, “Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã? Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa? Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ” Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo. Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’ “Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o. Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo. “ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/8-d580011e851694b1d517a7b2d74c6b74.mp3?version_id=1613,"Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedeasi gava nam be, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dɔmedzoe, ʋã ŋu ɖe enu vevie.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, To Kɔkɔe.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ŋutifafa kple dzidzeme agava Yerusalem hena ƒe geɖewo, ale be woagakpɔ amegãɖeɖiwo kple nyagãɖeɖiwo woalé kpo ɖe asi, anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ le ablɔ dzi abe tsã ene. Duwo ƒe mɔtatawo dzi ayɔ fũu kple ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo eye woanɔ fefem kple dzidzɔ.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Ɣe ma ɣi la, adze nu si wɔ nuku na ame ʋɛ siwo susɔ, ke nye ya la, ɖe wòawɔ nuku nama?” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Maɖe nye amewo tso dukɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe la ƒe asi me. Makplɔ wo agbɔe be woava nɔ Yerusalem. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mi ame siwo le nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la sem, ame siwo nɔ anyi hafi woɖo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi, mido ŋusẽ nu be miawu gbedoxɔ la tutu nu. Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti. Ke azɔ la, nyemawɔ na ame siwo susɔ la abe ale si mewɔ na amewo va yi ene o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Atiku la amie, atsi, wainkawo atse nyuie, anyigba aʋã eƒe nukuwo, eye ahũ adza tso dziƒo. Matsɔ nu siawo katã ana nye ame siwo susɔ la abe woƒe domenyinu ene. Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Abe ale si meɖoe kplikpaa be mahe tsɔtsrɔ̃ va mia dzii, eye nyemakpɔ nublanui o, esi mia fofowo do dɔmedzoe nam ene la,” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “nenema azɔ, meɖoe kplikpaa be magawɔ nyui na Yerusalem kple Yuda, eya ta migavɔ̃ o. Esiawoe nye nu siwo miawɔ: mito nyateƒe na mia haviwo, mitso afia si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le miaƒe ʋɔnuwo. Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi ŋuti o, eye atam dzodzro kaka megado dzidzɔ na wò o, elabena metsri nu siawo.” Yehowae gblɔe. Esia hã nye gbedeasi bubu si va nam tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nutsitsidɔ siwo miewɔna le ɣleti enelia, atɔ̃lia, adrelia kple ewolia me la, anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe azãwo na Yuda, eya ta milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Ame geɖewo kple ame siwo tso du geɖewo me le mɔ dzi gbɔna, eye amewo atso du ɖeka me ayi du bubu me ahagblɔ be, ‘Mina míatso zi ɖeka, míayi aɖaɖe kuku na Yehowa, eye míadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la. Nye la, medze mɔ yina.’ Ale amewo kple dukɔ siwo ŋu ŋusẽ le la ava Yerusalem be yewoadi Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye woaƒo koko nɛ.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/9-3ce440836ead04c54aaf17322df8aee8.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu. Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã. Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene, eye nenema ke sika bɔ abe ke si le mɔdodo dzi ene. Ke Yehowa axɔ kesinɔnuwo le esi, akaka eƒe tɔdziʋuwo kple wo me nɔlawo ƒe ŋusẽ, eye dzo ava fiae ƒioƒioƒio. Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo. Amedzrowo ava xɔ Asdod, eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa. Maɖe ʋu ɖa le woƒe nuwo me kple nuɖuɖu si wotsri na wo la le woƒe aɖutame. Ame siwo susɔ la anye míaƒe Mawu la tɔ, woazu kplɔlawo le Yuda, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene. Ke maʋli nye gbedoxɔ la ta tso adzohawo ƒe asi me. Ŋutasẽla magaɖu nye amewo dzi akpɔ gbeɖe o, elabena azɔ mele wo ŋu dzɔm. Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi. Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke. Ɖe nu si mebla kpli wò, tre enu kple ʋu ta la, maɖe wò tso ku me, be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o. Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me, O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le. Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem na mi be magbugbɔ aɖo nu siwo miebu la teƒe na mi zi eve. Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene, eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu. O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo, ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene. Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi, eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ le anyigbeme ƒe ahomwo me, eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi. Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii. Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene, wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene, eye wòaƒo wo bekee abe ale si wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene. Yehowa, woƒe Mawu la aɖe wo gbe ma gbe abe ame siwo nye eƒe alẽhawo ene. Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi abe adzagba le fiakuku ŋu ene. Aleke woahanyo eye woahadze anii! Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie, eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/10-8638f4b783b2fec3720bf5cb85e0b3c6.mp3?version_id=1613,"Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame. Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ siwo wote ɖe anyi la ene, elabena kplɔla mele wo si o. “Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mahe to na kplɔlawo, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe, eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene. Dzogoedzikpe atso Yuda ava, eye tsyoti, dati siwo ŋu dɔ wowɔna le aʋa me kple dziɖula ɖe sia ɖe atso Yuda ava. Wo katã woabɔ asaɖa abe ŋutsu kalẽtɔ siwo le zɔzɔm le bamɔtatawo dzi le aʋagbedzi ene, elabena Yehowa li kpli wo, woawɔ aʋa, aɖu sɔdolawo dzi. “Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo. Efraimtɔwo ava nɔ abe ŋutsu kalẽtɔwo ene, eye woƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe wain wono ene. Wo viwo akpɔe, woatso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu. Mana dzesi wo, eye maƒo wo nu ƒu, maɖe wo vavã, eye woagasɔ gbɔ abe tsã ene. Togbɔ be mekaka wo ɖe amewo dome hã la, woaɖo ŋku dzinye le anyigba didi mawo dzi. Wo kple wo viwo atsi agbe, eye woagatrɔ agbɔ. Makplɔ wo agbɔe tso Egipte, eye maƒo wo nu ƒu tso Asiria; makplɔ wo va Gilead kple Lebanon, eye womakpɔ teƒe anɔ gɔ̃ hã o. Woato nuxaxa ƒe atsiaƒu me, ke woaɖu ƒu dzeagbowo dzi, eye Nil tɔsisi ƒe gogloƒewo aƒu kplakplakpla. Woaŋe kɔ le Asiria ƒe dada nu, eye woaɖe Egipte ƒe fiatikplɔ ɖa. Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/11-8203ad8971a3f0857481469d8ac04d5b.mp3?version_id=1613,"“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be dzo nabi wò sedatiwo! Mifa avi, O logotiwo elabena sedati mu dze anyi, ati gãwo tsrɔ̃! Mi ati sesẽ siwo le Basan, mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi! Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa, elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃. Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃, elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!” Yehowa, nye Mawu la gblɔ nam be, “Yi nàwɔ dɔ abe alẽkplɔla ene, eye nàkplɔ alẽ siwo woɖo ɖi na wuwu. Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o, elabena nyemagakpɔ nublanui na anyigbadzinɔlawo o.” Yehowae gblɔe. “Malé ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Woate anyigba la ɖe to, eye nyemaɖe wo tso woƒe asi me o.” Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta. Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam. Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.” Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo. Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya. Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam. Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe. Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome. Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu, elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo. “Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la, ame si gblẽ alẽha la ɖi! Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku! Eƒe abɔ nedzo ɖo agu, eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/12-311f21a16e03cfbce3569ef11141aafc.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu, Yehowa si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòwɔ gbɔgbɔ de ame me, eyae gblɔ be, “Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem. Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi. Gbe ma gbe la, made vɔvɔ̃ sɔ ɖe sia ɖe me, eye matsɔ tsukuku ada ɖe wo dolawo dzi.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋkuwo anɔ Yuda ƒe aƒe la ŋuti ɖaa, ke magbã ŋku na dukɔwo ƒe sɔwo. Ekema Yuda ƒe kplɔlawo agblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yerusalemtɔwo sesẽ, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae nye woƒe Mawu.’ “Gbe ma gbe la, mawɔ Yuda ƒe kplɔlawo woanɔ abe dzoɖenu le nake si woƒo kɔe la dzi ene. Woanɔ abe akakati bibi le gbe ƒuƒuwo dome ene. Woabi ame siwo ƒo xlã wo, ɖusime kple miame siaa, ke Yerusalem ya anɔ te sesĩe. “Yehowa aɖe Yuda ƒe nɔƒewo gbã, ale be bubu si le David ƒe aƒe la kple Yerusalem me nɔlawo ŋu la malolo wu Yudatɔ o. Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene. Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ dukɔ siwo katã tso ɖe Yerusalem ŋu. “Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene. Gbe ma gbe la, avi aɖi hoo le Yerusalem abe ale si Hadad Rimon fa avi vevie le Megido ƒe balime ene. Anyigba la katã afa avi; to ɖe sia ɖe afa avi na eɖokui, eye wo srɔ̃wo anɔ wo gbɔ: to si tso David ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Natan ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, to si tso Levi ƒe aƒe me kple wo srɔ̃wo, Simei ƒe to kple wo srɔ̃wo, eye to mamlɛawo katã hã kple wo srɔ̃wo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/13-98fc70c3e6df35527dfdd25f3fb7ae35.mp3?version_id=1613,"“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me. “Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi. Ne ame aɖe aganɔ nya gblɔm ɖi la, fofoa kple dadaa, ame siwo dzii la agblɔ nɛ be, ‘Èdze na ku, elabena ègblɔ aʋatsonyawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ Ke ne egblɔ nya ɖi la, edzilawo ŋutɔ atɔ hɛe wòaku. “Gbe ma gbe la, nyagblɔɖila ɖe sia ɖe ƒe ŋutega si wòakpɔ la akpe ŋu nɛ. Magado nyagblɔɖilawo ƒe awu si wowɔ kple ɖa la be wòable amewo o. Agblɔ be, ‘Menye nyagblɔɖilae menye o: agbledelae menye. Tso nye ɖekakpuime ke, mekpɔa nye nuɖuɖu tso anyigba me.’ Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’ “O yi, nyɔ, nàtso ɖe nye alẽkplɔla la ŋu, ɖe ame si tsɔ ɖe gbɔnye kpokploe la ŋu!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Xlã nu ɖe alẽkplɔla la, alẽawo aka ahlẽ, eye matrɔ nye asi ɖe suetɔwo ŋu le anyigba blibo la dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku, eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma. Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEC/14-993c6c22ba7d55f4541fd8d76fe0b19d.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi. Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me. Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene. Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe. Miasi ato nye to la ƒe balime, elabena akeke va se ɖe keke Azel. Miasi abe ale si miesi le Yuda fia Uzia ƒe ŋkekewo me esime anyigba ʋuʋu la ene. Ekema Yehowa, nye Mawu la ava, eye kɔkɔetɔwo katã anɔ eŋu. Gbe ma gbe la, akaɖi, vuvɔ alo afu manɔ anyi o. Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava. Gbe ma gbe la, agbetsi asi tso Yerusalem, afã asi ayi ɖe ɣedzeƒeƒu la me, eye afã asi ayi ɣetoɖoƒeƒu la me. Anɔ alea le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa. Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi. Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe. Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa. Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo. Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo. Yuda hã awɔ avu le Yerusalem; woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo gbogbo aɖe kple nudodowo. Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi. Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo. Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o. Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o. Esia anye Egipte kple dukɔ bubu siwo meyi Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o la ƒe tohehe. Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “ÈLE KɔKɔE NA YEHOWA,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene. Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/1-9bd579b9286fceac419515d3d534a4ce.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo: Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko. Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me? Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana, ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee. Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso. Ya ƒona ɖoa ta dziehe eye wòtrɔna yia anyiehe. Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe. Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o. Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me eye wògatsana yia atsiaƒu la me. Nuwo katã le dagbadagba dzi eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu le eŋu wòade edeƒe o: nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene. Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o. Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be, “Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã? Enɔ anyi kpɔ le blema ke, do ŋgɔ na mí. Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o; nenema ke ame siwo woava dzi la, maɖo ŋku nu siwo dzɔ do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o. Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem. Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o. Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. Nu si glɔ̃ da ɖi la, womagate ŋu adzɔe o eye nu si meli o la, womate ŋu axlẽe o. Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.” Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko; elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me, eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la, dzia nuxaxa ɖe edzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/2-eedfe42f8d308f4388d36b3bc124ff79.mp3?version_id=1613,"Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la. Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo, mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me. Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me. Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si. Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu. Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ. Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tso dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o. Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam. Le nyateƒe me la, dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nye agbagbadzedzewo katã ƒe fetu. Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la, medze sii be wo katã nye tofloko kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele naneke ŋu le afi aɖeke o. Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe! Mekpɔe be viɖe le nunya ŋu wu bometsitsi abe ale si kekeli nyo wu viviti ene. Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi. Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe; elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me. Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. Nu si gate ɖe dzinyee nye magblẽ nye dagbadagbawo katã ƒe metsonu ɖi na ame bubuwo. Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko! Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu, elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me? Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko. Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona, elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe? Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/3-3ec88d45d0f9e282218b3e5f27216e4a.mp3?version_id=1613,"Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te. Amedziɣi li, eye kuɣi li. Nudoɣi li, eye nuxaɣi li. Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li. Avifaɣi li, eye nukoɣi li. Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li. Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li. Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li. Nudiɣi li, eye nubuɣi li. Nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li. Nuvuɣi li, eye nutɔɣi li. Ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li. Lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li. Aʋawɔɣi li, eye ŋutifafawɔɣi li. Nu ka tututu amegbetɔ kpɔna tso dɔ sesẽ wɔwɔ me? Mebu ta me tso nu sia ŋu tso dɔ vovovo siwo Mawu tsɔ na amegbetɔ la ŋu. Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o, eya ta metso nya la me be gbã la, nu si ƒo nuwo katã tae nye be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu agbe ŋkeke ale si wòate ŋui; evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ. Eye menya esia be nu sia nu si Mawu wɔ la, tɔtrɔ aɖeke meganɔa eŋu o, womate ŋu atsɔ naneke akpee o eye womate ŋu aɖe naneke le eme hã o. Mawu ƒe taɖodzinu le nya sia mee nye be ele be amegbetɔ navɔ̃ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la. Nu sia nu si li fifia la, nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke eye nu sia nu si ava dzɔ la, dzɔ kpɔ va yi xoxo. Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ. Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã. Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.” Le esia megbe la, medze sii be, “Mawu le mɔ ɖem be xexea me nalé eƒe nu vɔ̃ mɔ atsɔ, ale be yeate ŋu ado amegbetɔƒomea kpɔ, eye amegbetɔwo ŋutɔ nakpɔe be yewole abe gbemelãwo ene. Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko! Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu, elabena ame ka ate ŋu aɖee fia bena, amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ ɖoa ta dzi, ke lãwo tɔ ya ɖoa ta anyi, gena ɖe tome?” Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/4-09f5fb5d1fe0e6687f82b69290ea8d0c.mp3?version_id=1613,"Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi. Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la, woawoe nye ame siwo womedzi o eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o. Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko. Bometsila bla asi ɖe akɔnu eye wògblẽ eɖokui dome. Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo. Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu. Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o. Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu. Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe, ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la, egena ɖe fukpekpe me. Hekpe ɖe esia ŋu la, ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka le vuvɔŋɔli le zã me la kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ, ke aleke ame ɖeka ate ŋu ade dzo lãme na eɖokui? Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi. Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o. Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ. Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã. Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã. Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/5-d60bd0dd36e973fc203bd50dc49eb273.mp3?version_id=1613,"Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o, Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o, elabena Mawu le dziƒo ke, le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii eya ta mègaƒo nu blablabla o. Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la, nenema kee bometsitsi nana woƒoa nukpoloe. Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. Wɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi nɛ. Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ. Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi? Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me. Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame. Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me. Ame si lɔ̃a ga la, makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ, adze eŋu gbeɖe o. Enye bometsitsi be ame nabu be kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame! Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la, nenema tututue wò gaŋudɔwɔwɔ hã anɔ; ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu? Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋu koe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato wò asibidɛwo dome adzo le gbɔwò! Ame dahe si wɔa dɔ sesĩe la, dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o. Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me, ale be ne viŋutsu le amea si la, naneke matsi anyi na viŋutsu la o. Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la, trɔna kaba yia ahedada me, afi si wòdze dɔa gɔme tsoe. Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la: Nya sia nye nya sesẽ aɖe, elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko. Eƒe nuwo katã buna. Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo. Ke nu ɖeka pɛ ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ gã ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana dɔ sia dɔ si wòwɔna la nado dzidzɔ nɛ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me. Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ. Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/6-2f10ee7845f5e0e7db3930978f9d43e9.mp3?version_id=1613,"Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi. Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe. Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe, elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o, makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o. Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu? Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu, ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o. Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume? Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsaglalãtsatsa le susu me. Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko. Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o. Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura? Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/7-db9bfbe8b94eb1b154699239c0686e45.mp3?version_id=1613,"Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake. Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe! Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò. Nuxaxa nyo wu nukoko elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi. Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu. Ne nunyala ka mo na ame la, enyo wu bometsila nakafu ame elabena bometsila ƒe amekafukafu nu yina kaba abe agbalẽ kakɛe ge ɖe dzo me ene eya ta enye numanyamanya be ame nana bometsitsi ma tɔgbi ƒe nya nawɔ dɔ ɖe edzi. Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me. Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze! Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi. Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila. Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o! Nunya nye domenyinu xɔasi kple viɖe na ame siwo le agbe; Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu, gake nyui geɖe le nunyalanyenye me. Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi. Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o. Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o. Medze si nu sia nu le nye agbenɔnɔ ƒuƒlu sia me. Medze sii be ame nyui aɖewo kuna kaba ke ame vɔ̃ɖi aɖewo nɔa agbe didi eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o eye mèganya nu tso eme akpa o. Nu ka ta nàwu ɖokuiwò? Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo alo nàtsi bome akpa o! Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu? Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu, eye ne èvɔ̃a Mawu la, àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra. Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo! Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o. Mègade xa ɖi hena nyasese o, àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò! Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe! Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu. Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko” Ke medze edzi nam nenema o. Nunya le didiƒe ke eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu. Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku. Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ. Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu, ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o. Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye, woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be woanya ɖoɖo si le nuwo me. Esi mele nuwo me kum, nyemeke ɖe naneke ŋu o la, mekpɔ ŋutsu si nye ame dzɔdzɔe ɖeka le ame akpe ɖeka dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka si nye ame dzɔdzɔe la le wo katã dome o. Mekpɔe hã be togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo wonye ame dzɔdzɔewo hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/8-e142e4cdeeffd16e21f7c775fa797c70.mp3?version_id=1613,"Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la. Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu. Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o. Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi. Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi. Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ? Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o. Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui. Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o. Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo. Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o. Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko! Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me. Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la, tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/9-0c6fa5d8721f8200ac464e1a0be3c371.mp3?version_id=1613,"Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ. Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka. Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome. Agbagbeawo si ko mɔkpɔkpɔ le. “Enyo be ame nanye avu gbagbe wu wòanye dzata kuku.” Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o. Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi, abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la, woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke megale wo ŋu le xexe sia me o. Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo! Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o. Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta. Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o. Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene. Nu bubu si gawɔ dɔ tɔxɛ ɖe dzinye esi melé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo ŋu lae nye: Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee. Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o. Ale medze sii be togbɔ be nunya xɔ asi wu ŋusẽ hã la, ne nunyala la nye ame dahe ko la, woado vloe eye eƒe nuƒoƒo madze ame ŋu o. Ke nunyala ƒe nya si wògblɔna dzaa la, xɔa asi wu bometsilawo ƒe fia ƒe ɣlidodo. Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/10-8e326d40de88aaa08481dbcf740a6bd6.mp3?version_id=1613,"Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me. Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃. Àte ŋu adze si bometsila le ale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me! Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawo kple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi me le xexea me ŋu. Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o. Gawu la, mekpɔ subɔlawo wonɔ sɔ dom le esime fiaviŋutsuwo nɔ afɔ zɔm abe subɔlawo ene! Ame si ɖea vudo la, eyae gena ɖe eme. Ame si gbãa gli toa eme la, eyae da ɖuna. Ame si gbãa kpe la, eyae kpe wɔa nuvevii! Ame si dzea nake la, eyae fia sina! Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la, wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ. Dze nunya eye nànyre fia la nyuie. Ne da ɖu ame hafi wosa gbe de daa la, ekema gbesala mewɔ dɔ nyui aɖeke o. Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya, ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu. Eƒe nyawo ƒe gɔmedzedze nyea numanyamanya eye eƒe nyawo ƒe nuwuwu nyea tsukuku vɔ̃ɖi. Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito! Ke ame ka tututu ate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge? Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋu ale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o. Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe. Woayra dukɔ si ƒe fia nye bubume, eƒe kplɔlawo wɔa dɔ sesĩe hafi ɖua nu eye wonoa nu bena woatsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwo hena dɔ si le wo ŋgɔ la wɔwɔ. Kuviawɔwɔ nana xɔ ƒe daɖedziwo nyena ɖe eme, eye alɔgblɔlɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna. Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ, wain hea dzidzɔ vanɛ, eye gae dia nu sia nu kpɔna. Mègado ɖiŋu na fia la le wò susu me ke gɔ̃ hã o; mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o, elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/11-e8a8a35c2cfd8ad9778768a698d46a5b.mp3?version_id=1613,"Na nu amewo faa elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe. Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me. Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze. Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la, meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la, meŋea nu o. Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí abe ale si míenya ya ƒe toƒe o kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene. Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie. Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe! Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu. Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta, eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ECC/12-64959ffe6916235d92230e627dd6b138.mp3?version_id=1613,"Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo. Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo kple abɔwo nadzo nyanyanya, wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ, wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu eye wò ŋkuwo hã natsi ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum esi wò aɖuwo tu vɔ la ta! Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me, ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom, màgate ŋu adzi ha o. Àvɔ̃ na dzidede kple gege, eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ, ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o, ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm. Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã, tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to, tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa, nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ. Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko. Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te, elabena Nyagblɔla menye nunyala ɖeɖe ko o, ke boŋ enye nufiala nyui aɖe hã. Menye ɖe wòfia nu si wònya la ko wo o, ke boŋ efianɛ to mɔ si do dzidzɔ na wo la dzi. Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo. Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu. Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa, eɖanye nyui alo vɔ̃." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/1-3b348936a4593187f80c3e99b2889812.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. O! Dziƒo kple anyigba, miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le. Yehowa be: “Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo kple beléle la dze aglã ɖe ŋunye. Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.” O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃, ame siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo, nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, vi siwo nye nu tovo wɔlawo, wogbe nu le Yehowa gbɔ, wodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la, eye wotrɔ megbe dee. Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi? Miaƒe ta katã xɔ abi, eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi. Tso miaƒe afɔƒome va se ɖe miaƒe dzodome la, teƒe nyui aɖeke meli o, negbe abiwo, dodrowo, abi mumu siwo womeklɔ haɖe o alo ɖo amii loo alo bla o la koe li. Miaƒe anyigba zu gbegbe, wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume, du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo, eye wogblẽ miaƒe anyigba abe ale si amedzrowo wɔna ene. Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si le waingble me ene, abe agblexɔe le dzamatregble me ene, eye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene. Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la, anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene. Mise Yehowa ƒe nya, mi Sodom dziɖulawo, milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu, mi Gomoratɔwo! “Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe, nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe. “Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la, wu tsɔtsɔ nam. Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o. Ne miedo ɖe nye ŋkume la, ame kae bia esia tso mia si be, mianɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo? Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ! Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo medoa dzidzɔ nam o. Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi siwo nye dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o. Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui bubuawo. Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me. Ne miele gbe dom ɖa, keke miaƒe abɔwo me la, maɣla nye ŋkume ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemaɖo to mi o, elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu. “Mile tsi ne mia ŋuti nakɔ. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le nye ŋkume! Midzudzɔ vɔ̃wɔwɔ, ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu. “Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene. Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo. Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.” Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe. Tsã la, wokpɔa nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye le eme, ezu hlɔ̃dolawo ƒe du. Tsã la, klosalo si le keklẽm la wònye, ke azɔ la, elé ɣebia eye wòzu abe wain nyuitɔ si wotɔ tsii ene. Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o. Eya ta ale Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Ŋusẽtɔ la gblɔe nye esi. “O! Makpɔ gbɔɖeme tso nye ketɔwo ƒe asi me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo. Matrɔ atsi tsitre ɖe mia ŋu, atsra mia me, eye maɖe nu kuklui siwo nye ɖiƒoƒo la ɖa le mia me. Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.” Woaɖe Zion kple afia nyui tsotso, eye woaɖe eƒe dzimetrɔlawo kple dzɔdzɔenyenye. Ke woagbã aglãdzelawo kple nu vɔ̃ wɔlawo siaa gudugudu, eye woatsrɔ̃ ame siwo gbe nu le Yehowa gbɔ. “Ŋu akpe mi le logoti siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu; woade ŋukpe mo na mi le abɔ siwo mielɔ̃na la ta. Miazu abe logoti aɖe si ƒe aŋgbawo yrɔ kple abɔ si me tsi aɖeke mele o la ene. Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu, eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi, wo ame eve la woabi, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/2-5b75fb9245482fe82f356d20d530f533.mp3?version_id=1613,"Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti. Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi, be wòanye to si aƒo towo katã ta, woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta, eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi, míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me; afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava. Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o. O! Yakob ƒe aƒe, na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me. Ègbe nu le wò amewo, Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo. Wokaa afã abe Filistitɔwo ene, eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu le woƒe subɔsubɔwo me. Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika, eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o. Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi, eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o. Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo, wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo, eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ, eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, mègatsɔe ke wo o. Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me, mibe ɖe anyigba ƒe tume tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ! Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi, eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi). Woabɔbɔ Lebanon ƒe sedati kɔkɔ tsralawo kple Basan ƒe logotiwo ɖe anyi. Woabɔbɔ to kɔkɔwo kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi; woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo kple gli sesẽwo ɖe anyi, eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi. Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi kple dada ɖe anyi. Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe, eye woaɖe legbawo katã ɖa keŋkeŋ. Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la, amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome kple dowo me le anyigba ƒe tume, le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta. Le ŋkeke ma dzi la, amewo atsɔ woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wosubɔna la aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo. Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome kpakple agakpe kɔkɔwo tame be woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu, ne etso be yeaʋuʋu anyigba. Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/3-e1830c7a89a52873444e4f79304e57eb.mp3?version_id=1613,"Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi. Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono siwo katã wònaa wo la dzi. Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple dumegãwo, ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi. Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe, eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo. Amewo ate wo nɔewo ɖe to, ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu, aƒelika ɖe aƒelika ŋu, sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu, eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu. Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be, “Wò ya avɔ le ŋuwò, nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.” Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be, “Ŋutete mele ŋunye o, nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o, eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.” Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ, Yuda le anyi dzem. Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ. Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi. Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo. Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo. Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi. Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo. Yehowa bu fɔ eƒe amewo, eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be, “Miawoe tsrɔ̃ nye waingble. Mieli kɔ nu siwo mieha le ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me. Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo, eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Zion nyɔnuwo dana, wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm. Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm, nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ. Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi, Yehowa ana be ta nakpa na wo.” Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo, aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa. Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo, ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa. Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo; ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa. Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu; adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe, eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe. Wò ŋutsuwo atsi yi nu, eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa. Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi, anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/4-2124dd005aec7e873c4b104b0e4c7f87.mp3?version_id=1613,"Gbe ma gbe la, nyɔnu adre aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu, eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo. Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko, nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.” Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel. Ame siwo susɔ ɖe Zion, ame siwo tsi Yerusalem la, woayɔ wo be kɔkɔe, ame siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem. Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ. Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ. Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/5-3270af558941de25c7c8b5bbd0a575bf.mp3?version_id=1613,"Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso eƒe waingble ŋuti. Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ si nyoa nuku la dzi. Edzobo eme heɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina, eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma. Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wotse wain vevewo. “Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo, miese ale si nya la katã va yii, eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye kple nye waingble la dome. Nu ka wòle be mawɔ na nye waingble la esi nyemewɔ nɛ o? Ekema nu ka ta mele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wain vevewo ko wòtse? Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala nye waingble la na mi. Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui. Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae. Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.” Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi. Baba na mi ame siwo le xɔ tsiam ɖe xɔ nu, eye wole agble tsiam ɖe agble nu be teƒe aɖeke megasusɔ o, be woawo ɖeɖe naxɔ anyigba la dzi! Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam mese kple nye towo, “Ne xɔ gãwo mezu gbegbe, eye dziƒoxɔ gãwo mezu aƒedowo o fĩi! Woakpɔ wain adzafi ɖeka kple afã pɛ ko le waingble agbleka ewo sɔŋ me, eye ne woƒã bli agba ɖeka la, bli kotoku ɖeka pɛ ko woakpɔ le eme.” Baba na mi, ame siwo fɔna fɔŋli henɔa ho ʋlim le aha muame nono me, eye mienɔa wain yome va se ɖe zãtiƒe, eye wòmua mi tsiɖitsiɖi. Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo, kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu, gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o. Eya ta nye amewo ayi ɖe aboyome le nugɔmemasemase ta; dɔwuame awu woƒe ame ŋkutawo, eye tsikɔ awu ame haho la. Eya ta nuɖuɖu le yɔdo dzrom vevie, eye wòke eƒe nu ɖi baa, eya ta Yerusalem ƒe ame ŋkutawo kple ame hahoawo age dze eme kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo kple aglotutuwo katã. Ale woaɖiɖi ame ɖe anyi, woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, eye woate dadalawo ƒe ŋku ɖe to. Ke woado Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖe dzi le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu Kɔkɔe la aɖe eƒe kɔkɔenyenye afia to eƒe dzɔdzɔenyenye me. Ekema alẽwo aɖu gbe abe woawo ŋutɔ ƒe lãnyiƒee wole ene; eye alẽviwo aɖu nu le kesinɔtɔwo ƒe aƒedowo me. Baba na ame siwo tsɔ beble ƒe kawo de dzidada le hehem, eye wode kekehekawo nu vɔ̃ hele hehem, ame siwo gblɔna be “Mawu newɔ kaba. Nedo tsɔtsɔe eƒe dɔ be miakpɔe; Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe aɖaŋudede neva kaba ne mianyae.” Baba na ame siwo yɔ vɔ̃ be nyui, eye woyɔ nyui be vɔ̃, ame siwo tsɔ viviti ɖɔli kekeli, eye wotsɔ kekeli ɖɔli viviti. Ame siwo yɔa veve be vivi, eye woyɔa vivi be veve. Baba na ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe, eye wonye aɖaŋudelawo le woawo ŋutɔ ɖokuiwo gbɔ. Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain gã nono me, eye wonye dziɖulawo le ahamuamewo tɔtɔ me, ame siwo xɔa zãnu, eye wotsoa afia ŋkunɔ na agɔdzelawo; ke ame siwo ƒe nya dzɔ la, wodea wo nya me. Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu, Eya ta Yehowa ƒe dziku bi ɖe eƒe amewo ŋu. Ekɔ eƒe alɔ dzi, eye wòƒo wo ƒu anyi. Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye ŋutilã kukuwo le abe gbeɖuɖɔ le aɖukpo dzi ene. To esiawo katã gbɔ hã la, eƒe dziku nu mefa o, eƒe alɔ gale dzi ko. Ekɔ aflaga dzi na didiƒe dukɔwo, eye wòlia aku na ame siwo le anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Kpɔ ɖa, wova kaba kple du! Ɖeɖi mete wo dometɔ aɖeke ŋu alo nu nati kɔ nɛ o. Ɖeka pɛ hã medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o. Alidziblanu metu le ɖeke ƒe ali o, eye tokota metso le ɖeke ƒe afɔ o. Woƒe datiwo le ɖaɖam, eye woku woƒe dawo me. Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene, eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene. Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o. Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ene. Ne ame aɖe nye kɔ kpɔ anyigba la, viviti kple hiã ko wòakpɔ, eye lilikpowo gɔ̃ hã ana kekeli nado viviti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/6-ff8031d6a5410c8fec01203c4a475561.mp3?version_id=1613,"Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me. Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii. Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.” Woƒe gbe ƒe ɖiɖi na be ʋɔtrutiawo kple gbedoxɔ la ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ gbedoxɔ la me taŋ. Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.” Kasia Serafiawo dometɔ ɖeka dzo yi ɖe vɔ̃samlekpui la gbɔ, eye wòtsɔ abɛ tsɔ dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi hedzo va gbɔnye. Etsɔ dzoka xɔxɔ la tɔ nye nuyi hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò, elabena dzoka sia ka wò nuyi ŋuti.” Eye mese Aƒetɔ la ƒe gbe wòbia be, “Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?” Meɖo eŋu be, “Aƒetɔ, nyee nye esi, dɔm!” Egblɔ nam be, “Yi nàgblɔ na ame siawo be, ‘Miaƒe towo ase nyawo, gake miase egɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.’ Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tu woƒe towo, eye nàmia woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woava kpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, eye woatrɔ akpɔ dɔyɔyɔ.” Eye megblɔ bena “Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Aƒetɔ?” Eɖo ŋu be, “Va se ɖe esime duwo katã zu aƒedo, eye ame aɖeke megale wo me o. Va se ɖe esime aƒewo katã naɖi gbɔlo, eye anyigba la katã nazu gbegbe. Va se ɖe esime Yehowa nya ame sia ame ɖo ɖe aboyome, eye anyigba la katã nagblẽ keŋkeŋkeŋ. Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka asusɔ ɖe anyigba dzi hã la, woagana wòazu gbegbe, gake abe ale si ne wolã logoti kple gboti, takpoawo susɔna ene la, nenema ke atiku kɔkɔe la azu atitakpo ɖe anyigba la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/7-488ac8bbc647118e14b312e513751498.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko. Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene. Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe. Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o. Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be, “Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.” Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Madze edzi o, mava eme o, elabena Siria ƒe tae nye Damasko, eye Damasko ƒe tae nye Rezin. Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me, woagbã Efraim gudugudu, ale womaganɔ te o. Efraim ƒe tae nye Samaria, eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu. Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la, ekema mianɔ te hã o.’ ” Yehowa gaƒo nu na Ahaz be, “Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.” Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.” Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa? Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel. Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe. Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.” Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me. Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi. Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si. Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã. Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka (1,000) la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma. Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi. Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/8-071212f9639148c3c0fbb24ec35566cb.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba. Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.” Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba. Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.” Yehowa gagblɔ nam be, “Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloa tsi si tsana blewu la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ ɖe Rezin kple Remalia ƒe vi ŋu la, eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la ƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi. Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me. Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me; asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba, eye wòaɖɔ́ va se ɖe eƒe ve ke. Eƒe aʋala akeke atsyɔ miaƒe anyigba ƒe kekeme, O! Mawu li kpli mi!” Mi dukɔwo mido aʋaɣli, eye dzi naɖe le mia ƒo. Miƒu to anyi, mi ame siwo le didiƒenyigbawo dzi. Mibla akpa na aʋawɔwɔ, ke dzi neɖe le mia ƒo; mibla ali dzi, ke dzi neɖe le mia ƒo. Mide aɖaŋu na aʋawɔwɔ, gake woagblẽ miaƒe aɖaŋudede, miwɔ ɖoɖowo, gake womadze edzi o, elabena Mawu li kpli mi. Ale Yehowa ƒo nu kplim kple kakaɖedzi hede se nam be, magadze ame siawo yome o. Mègaxɔ nugbeɖoɖo si ame siawo le wɔwɔm la o, mègavɔ̃ nu siwo vɔ̃m wole la o, eye womegado ŋɔdzi na wò o. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe. Eyae nye ame si ado ŋɔdzi na mi, eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli na Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi. Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo. Ame geɖewo aklii, adze anyi, eye woaŋe keŋkeŋ. Woatre mɔ alé wo. Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu le nye nusrɔ̃lawo dome. Makpɔ mɔ na Yehowa ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la; maɖo dzi ɖe eŋu. Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ. Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa? Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o. Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/9-9c97c91d5af85ff2ee04037d109ac70f.mp3?version_id=1613,"Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu. Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe, ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo. Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi. Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne wole aboyonu mam la ene. Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la, ègbã kɔkuti si nye agba la na wo, èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa. Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo, elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.” Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe. Aƒetɔ la ɖo du ɖe Yakob, eye wòava ƒo ɖe Israel dzi ne amewo katã nadze sii hekpe ɖe Efraim kple Samariatɔwo, ame siwo nɔa gbɔgblɔm le dada kple adegbe ƒuƒlu me be, “Anyikpewo mu dze anyi, gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo; wotso gbotiwo ƒu anyi, ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”, gake Yehowa do Rezin ƒe futɔwo ɖe dzi ɖe wo ŋu, eye wòde ƒu lãme na eƒe futɔwo. Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la. Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko. Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o. Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike, deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi. Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la, eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la. Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo, eye ame siwo blem wole la bu. Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o, elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo eye wo katã wogblɔa nya vlowo. Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko. Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene. Efia ŋuwo kple aŋɔkawo, eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la anye dzodonu, ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o. Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum, woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o. Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã. Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase, wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu. Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o, eye eƒe alɔ gale dzi ko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/10-244891244143f4a05c23caefe1e4d88e.mp3?version_id=1613,"Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi, be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi, woada adzo dzɔdzɔenyenye le ame teɖeanyiwo si, woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo. Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo? Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko. “Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti; ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee. Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu, meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu, ne wòaɖe aboyo eƒe amewo, aha wo, eye wòafanya wo, anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi. Ke menye esiae nye eƒe susu o, menye esia bum wòle o, eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu, eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ. Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’ ‘Ɖe Kalno medze anyi abe Karkemis ene, Hamat abe Arpad ene, eye Samaria abe Damasko ene oa? Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba siwo de ŋgɔ wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la, ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo abe ale si mewɔ Samaria kple eƒe legbawoe ene oa?’ ” Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta. Elabena egblɔ be, “ ‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la, mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi. Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la, nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe; abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la, nenema melɔ xexeme dukɔwoe: ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’ ” Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma. Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã? Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã, eye dzo abi le eƒe amegãwo dome abe ale si dzo binae ene. Israel ƒe Kekeli azu dzo, eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene, eye le ŋkeke ɖeka dzi la, abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo. Abe ale si dɔléle vɔ̃ɖi dzea ŋutsu dzi hewunɛ ene la, nenema ke Yehowa atsrɔ̃ Asiria ƒe ave dodowo kple woƒe agblenyigba nyuiwo gbidigbidi. Avemetiawo abi ale gbegbe be, ɖevi sue ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu axlẽ esiwo susɔ aŋlɔ da ɖi. Ava eme le ɣe ma ɣi me be Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe, ame siwo tsi agbe la, magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me. Ame mamlɛawo atrɔ gbɔ, Yakob ƒe ame mamlɛawo atrɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu. Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel, le abe ƒutake ene hã la, ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ. Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo ɖi kplikpaa la ava anyigba blibo la dzi. Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria, ame si ƒo mi kple ameƒoti, eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o. Madidi o la, nye dziku ɖe mia ŋu nu ava ayi, eye matrɔ nye dɔmedzoe ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene, eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi abe ale si wòdze le Egipte la ene. Le ŋkeke ma dzi la, woaɖe woƒe agbawo le wò abɔta, aŋe woƒe kɔkuti le wò kɔ, eye woƒe kɔkuti aŋe le miaƒe amidada ta. Woge ɖe Ayat, woto Migron, eye wova gble woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas. Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be, “Miatsi Geba adɔ.” Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me. Do boboe, Galim nyɔnuvi; Laisa, ƒu to anyi, nublanuie nye Anatɔt. Maglimae si, Gabimtɔwo ɣla wo ɖokui. Egbea ke, woatɔ ɖe Nɔb ŋu. Woanye woƒe kɔwo le yame ɖe Zion nyɔnuvi ƒe to kple Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu. Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ ŋusẽ gã aɖe alã atilɔwo tso ati siwo kɔ de dzi bobobo, eye wòabɔbɔ ketɔwo ɖe anyi. Woatsɔ fia adza ave dodowo, eye Ŋusẽtɔ la amu Lebanon ƒe sedatiwo aƒu anyi le avewo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/11-49a0657edb85d29bdfba5c62ad811377.mp3?version_id=1613,"Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me; tso eƒe ke me la, atilɔ aɖe atse ku. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ; aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ, eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu, alo atso nya me ɖe nu si eƒe to se la nu o, gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe. Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito. Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ, lãklẽ atsyɔ akɔ anyi ɖe gbɔ̃vi gbɔ bɔkɔɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me, eye ɖevi sue aɖe akplɔ wo. Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome, wo viwo atsyɔ akɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye dzata gɔ̃ hã aɖu gbe abe nyitsu ene. Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi suewo aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me. Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene. Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe. Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia. Atu aflaga na dukɔwo, eye wòaƒo Israelvi siwo woɖe aboyoe la nu ƒu. Aƒo Yuda ƒe vi siwo ka hlẽ ɖe xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi la nu ƒu. Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso, eye Yehowa atsrɔ̃ Yuda ƒe futɔwo. Efraim magaʋã ŋu Yuda o, alo Yuda nagaxaxa Israel ɖo o. Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe, eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la. Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi, eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo. Yehowa ana Egipte ƒu la namie, eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi kple ya xɔdzo sesẽ. Amae ɖe tɔʋu adre me ale be woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã. Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ siwo susɔ tso Asiria abe ale si wònɔ na Israel esi wòkplɔ wo do goe tso Egipte ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/12-a36846d8ed16188f8e610128a6ed2490.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be, “Makafu wò, O! Yehowa, togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la, wò dɔmedzoe nu yi, eye nèfa akɔ nam. Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.” Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome. Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã. Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/13-eaea41f5ed14720dc8c5840496c6a62a.mp3?version_id=1613,"Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti. Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame. Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo. Mimia asi wo, be woage ɖe bubumewo ƒe agbowo me. Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye ɖe nye dziɖuɖu ŋu. Miƒu to anyi, ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã aɖewoe le afi ma ene. Miƒu to anyi, zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe le ƒu ƒom ene. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ. Wotso anyigba didiwo dzi va, tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke. Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã. Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu, eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo. Vevesese kple nuxaxa alé wo, eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woƒe mo anɔ vevem hẽe, eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna. Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be woana anyigba la nazu gbegbe, eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi. Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o. Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to. Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ, eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir. Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi. Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la, ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi. Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé, eye ame si dzi asi su la atsi yi nu. Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume. Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe. Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu; ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o, eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o. Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi. Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o, alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o. Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi, Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi abe Sodom kple Gomora ene. Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o, eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o, alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o. Ke gbemelãwo koe atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma. Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me, golowo atso aƒe ɖe afi ma eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma. Gbevuwo hã anɔ afi ma, Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo. Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe, eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/14-5e11e3a0800e4b8f56b3581fbda3892e.mp3?version_id=1613,"Yehowa akpɔ nublanui na Yakob, aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti, eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la. Dukɔwo akplɔ wo va woawo ŋutɔ nɔƒee. Dukɔwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe aƒe la dzi. Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu gã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi. Gbe si gbe Yehowa ana mi gbɔdzɔe tso miaƒe fukpekpewo, hiãkamewo kple dɔ sesẽ siwo miewɔ le aboyo me la, ado hamelo sia na Babilonia fia be, Ale funyafunyawɔame la wu nue nye esi! Ale eƒe ŋutasesẽ hã wu nue nye esi! Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖi ƒe ameƒoti, eye wòŋe fiawo ƒe tsiamiti siwo wotsɔ ƒo dukɔwo atraɖii, eye le woƒe dɔmedzoe me, wobɔbɔ dukɔwo ɖe anyi heti wo yome kutɔkutɔe. Anyigbawo katã gbɔ ɖe eme le ŋutifafa me, eye wode asi hadzidzi kple dzidzɔkpɔkpɔ me. Logotiwo kple Lebanon ƒe sedatiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋu wò, eye wogblɔ be, “Azɔ esi wolã wo ƒu anyi la, atidzela aɖeke magava lã mi aƒu anyi o.” Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be woado go wò ne èva. Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò, ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ. Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso le woƒe fiazikpuiwo dzi. Wo katã woaɖo eŋu na wò kple gbe ɖeka be, “Wò hã èzu ame beli abe míawo ke ene; èle abe mia dometɔ ɖeka ene azɔ.” Wotsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo katã ɖi ɖe yɔ me kpe ɖe wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋuti. Nyẽwo le dodom le tewò, eye ŋɔviwo le tatam le dziwò. Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi! Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi; wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ! Ègblɔ le wò dzi me be, “Malia nu ayi ɖe dziƒo. Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame. Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi, le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke. Malia ayi ɖe lilikpowo tame ke, eye mawɔ ɖokuinye be masɔ ta kple Dziƒoʋĩtɔ la.” Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me, ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke. Ame siwo kpɔ wò la, woafɔ ŋku ɖe dziwò, eye woabu nu si dzɔ ɖe dziwò la ŋuti ahabia be, “Ɖe menye ame siae nye ame si ʋuʋu anyigba la, eye wòna fiaɖuƒewo dzo nyanyanya, ame si na xexea me zu gbegbe, ame si gbã du gãwo, eye wòɖe aboyo emenɔlawo oa?” Dukɔwo katã ƒe fiawo mlɔ anyi ɖe woƒe yɔdowo me le bubu me. Ke wo ya la, wokɔ wò ƒu gbe ɖe wò yɔdo me abe atilɔ si gbɔ wogbe nu le la ene. Wolɔ ame siwo wowu kple ame siwo tsi yi nu la li kɔe ɖe dziwò, ame siwo woɖi ɖe agakpetowo ƒe gogloƒe ke, eye wole abe ŋutilã kuku siwo wofanya kple afɔ la ene. Womaɖi wò abe woawo ene o, elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò amewo. Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkɔ azɔ o. Dzra teƒe ɖo ne nàwu ŋutsuwo le afi ma, ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta. Womatsi tsitre be woanyi anyigba la ƒe dome, eye woatso du gãwo, wòaxɔ anyigba la dzi o. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Matso ɖe wo ŋuti. Maɖe Babilonia ƒe ŋkɔ, ame siwo tsi agbe, viawo kple eƒe dzidzimeviwo ɖa” Yehowae gblɔe. “Mana wòazu hlɔ̃madɛwo nɔƒe, eye matsɔ gbegblẽ ƒe xa akplɔ woe.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Nyagblɔɖi la ɖi Asiria ŋu. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam be, “Le nyateƒe me, ale si meɖoe la, nenemae wòanɔ, eye ale si meɖo ɖe ta me la, nenema wòava emee. Magbã Asiriatɔwo le nye anyigba dzi, eye mafanya wo le nye towo tame. Maɖe kɔkuti ɖa le nye amewo ƒe kɔ, eye maɖe eƒe agba kpekpe ɖa le woƒe abɔta.” Esia nye ɖoɖo si mewɔ ɖe xexea me katã ŋu, nye asi si mekɔ ɖe dukɔwo katã dzi, elabena esiae Yehowa, Dziƒoʋakɔwo katã ƒe Aƒetɔ la ɖo. Ame kae ate ŋu agblẽ eme? Ekɔ eƒe asiwo dzi, ame kae ate ŋu aɖiɖii? Mexɔ nyagblɔɖi sia le ƒe si me fia Ahaz ku. Mi Filistitɔwo, migakpɔ dzidzɔ be ameƒoti si wotsɔ ƒo mi la ŋe o, elabena da vɔ̃ɖi ado tso da ma ke me, eye eƒe metsonu nye da vɔ̃ɖi si noa aɖi, eƒe kutsetse anye da to aʋala si yɔ fũu kple aɖi. Ame dahewo ƒe ame dahe akpɔ nyuiƒe, eye hiãtɔwo atsyɔ akɔ anyi le dedinɔnɔ me. Ke matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò ame siwo tsi agbe la. Fa avi, o agbo! Do ɣli, o du! Mi Filistitɔwo katã milolõ. Dzudzɔ babla tso anyiehe, eye ame beli aɖeke mele woƒe aʋakɔwo dome o. Ŋuɖoɖo kae woana dukɔ ma ƒe ame dɔdɔawo? “Yehowa gaɖo Zion te, eye le afi ma hiãtɔ akpɔ sitsoƒe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/15-a679754372ed854b32fc1f2f9334b2c1.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu: woatsrɔ̃ Ar le Moab, woagbãe le zã! Woatsrɔ̃ Kir le Moab, woagbã wo le zã! Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli, eye wolũ woƒe ge hã hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe woƒe mawu Nebo kple Medeba ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo. Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam. Ame siwo le Hesbon kple Eleale le avi fam sesĩe ale gbegbe be, woƒe ɣlidodo ɖo keke Yahaz. Esia na be Moab ƒe aʋawɔlawo wo avi gboo, eye dzi ɖe le wo ƒo. Nye dzi le nu xam le Moab ŋu. Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar, eye wode Eglat Selisia ke. Woyi Luhit to dzi kple avifafa, eye le Horonaim mɔ dzi la, wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti. Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o. Ale woƒe kesinɔnu siwo wokpɔ heli kɔe ɖi la, woatsɔe atso Amutitɔʋu lae. Woƒe konyifaɣli le ɖiɖim le Moab ƒe liƒowo dzi; woƒe avifafa ɖo keke Eglaim, eye woƒe konyifafa ɖo Beer Elim. Dimon tɔsisiwo yɔ fũu kple ʋu, gake mahe nu vɔ̃ɖi wu esia ava Dimon dzi. Dzata aɖo Moab ƒe aʋasilawo kple ame siwo susɔ ɖe anyigba dzi la dome." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/16-d161cfa8698e1f04cb753fddb288e7eb.mp3?version_id=1613,"Miɖo alẽviwo ɖe anyigbadziɖula la abe miaƒe adzɔnunana ene tso Sela to gbegbe la ahayi ɖe Zion ƒe vinyɔnu ƒe to la dzi. Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le woƒe atɔwo me ene la, nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo le Arnon ƒe tɔtsoƒewo. “Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí. Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu. Ɣla aʋasilawo, eye mègafia wo yomemɔ o. Na be Moab ƒe aʋasilawo nanɔ gbɔwò, eye nànye woƒe sitsoƒe tso nugblẽla ƒe asi me.” Ŋutasẽla ƒe ɣeyiɣi ava yi, eye gbegblẽ hã nu atso. Ameyometila hã abu ɖa keŋ le anyigba dzi. Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ. Míese nu tso Moab ƒe dada, eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu, gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro, eya ta Moabtɔwo afa avi, woafa avi ɖe Moab ŋu. Mixa nu, miafa konyi ɖe waintsetsebolo ta na Kir Hareset, elabena Hesbon ƒe agblewo yrɔ, nenema kee nye Sibma ƒe wainkawo hã. Dukɔwo ƒe amegãwo gblẽ waintsetse nyuitɔ siwo ƒe kawo de Yazer heɖo keke gbegbe, eye eƒe alɔwo keke va ɖo ƒuta. Eya ta mafa avi abe Yazer ɖe Sibma ƒe wainkawo ŋu ene. O! Hesbon, O! Eleale. Mefa mi vevie! Elabena dzidzɔɣli si ɖina le miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeŋe me la zi ɖoɖoe. Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me, ame aɖeke mele ha dzim alo le dzidzɔɣli dom le waingblewo me o, ame aɖeke megafiaa wain le wainfiaƒe o, elabena metsi dzidzɔɣliwo nu. Nye dzi le konyi fam le menye ɖe Moab ŋu abe ale si woƒoa kasaŋku ene, eye vevesese tso Kir Hareset ŋu. Ne eva eme be Moab do ɖe eƒe nuxeƒe la, dagbadagba ƒuƒlu koe. Ne eyi eƒe gbedoɖaƒe be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o. Esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖi xoxo tso Moab ŋu. Yehowa be, “Le ƒe etɔ̃ me tututu abe ale si agbatedɔwɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, maɖi gbɔ̃ Moab ƒe atsyɔ̃ kple ame gbogboawo, ame siwo asusɔ la, woanɔ ʋɛe, eye womanɔ nemi me hã o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/17-bc83d7d9ab56e092eeb882af65510b1a.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu: “Kpɔ ɖa, Damasko maganye du abe tsã ene o, ke boŋ atrɔ azu aƒedo! Woagblẽ Aroa ƒe duwo ɖi woatsi ƒuƒlu, eye wòazu nɔƒe na alẽha siwo atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o. Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã, eye Aram ƒe ame mamlɛawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Eva eme le ɣe ma ɣi be, Yakob ƒe ŋusẽ aɖiɖi, eye eƒe lãmemi avɔ keŋ. Azu abe bligble si me woŋe bli le hegblẽ hɔ̃litiawo ɖe tsitrenu ene, eye abe ale si agbledela fɔa bli dzɔdzɔe le Refaim me ene. Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ, eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene. Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe. Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi. Womagatrɔ ɖe woƒe vɔsamlekpui siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la ŋu o, eye womagabu aƒeli kple ɣelégba siwo woawo ŋutɔ wowɔ kple woƒe asiwo la o. Le ŋkeke ma dzi la, woƒe du sesẽ siwo wogblẽ ɖi na Israelviwo hesi dzo la anɔ abe gbegbe ene, eye woazu aƒedo. Elabena èŋlɔ Mawu, wò xɔnametɔ la be, eye mèɖo ŋku agakpe si nye wò mɔ sesẽ la dzi o. Eya ta togbɔ be nèƒã nuku nyuiwo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe wainkawo; togbɔ be gbe si gbe nèdoe la, ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la, èna wò nukuawo ƒo se hã la, le nuŋegbe la, màŋe naneke wu fukpekpe kple vevesese o. O! Dukɔ geɖewo ƒe agbodzedze. Wodze agbo abe tɔ dzeagbo ene! O! Woƒe amewo ƒe hoowɔwɔ. Wole hoo wɔm abe tɔ dzeagbowo ƒe hoowɔwɔ ene. Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene. Ŋɔdzi nɔa anyi le fiẽ me, gake wobuna ne ŋu ke. Esia nye ame siwo daa adzo mí la ƒe gome kple mía halawo ƒe dzidzenu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/18-2cce7aa4d030cfff6b2dd9c2ccc6dbdc.mp3?version_id=1613,"Baba na anyigba si le Kus ƒe tɔsisiwo ƒe go kemɛ dzi, afi si tɔdziʋu siwo doa abala la zɔna, dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe. Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ, eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ, dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta, du didiwo ke hã me, dukɔ nyanyra si fiana dzea amewo dzi hetsrɔ̃a wo; dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisi geɖewo si to. Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe. Ne woku kpẽ la, miasee. Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Manɔ anyi kpoo anɔ nu kpɔm tso nɔnyeƒe abe ale si yame kɔnae ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe la ene, abe ale si lilikpo dzaa ahũ le nuŋeɣi le dzomeŋɔli ene.” Elabena hafi nuŋeɣi nava yi ne seƒoƒowo hã nava yi, eye seƒoƒowo nazu wain ɖiɖi la, matsɔ hɛ̃ gobɛ la alã alɔawoe aƒu gbe. Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo kple anyigbadzilãwo; xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli, eye anyigbadzilãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli. Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/19-c17aa24fb3741f5a4e85dcb8972710f8.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo. “Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti. Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ. Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te, eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Nil tɔsisi la amie, eye eme aƒu kplakplakpla. Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm. Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu. Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ. Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la ƒe godoƒe la hã ayrɔ. Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia, eye ya aƒo wo adzoe. Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi, eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu. Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ, nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã. Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu. Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo. Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo. Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be, “Menye nunyalawo dometɔ ɖeka, menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?” Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ. Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí. Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo. Woble Memfis ƒe dukplɔlawo, eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae. Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me. Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si eya ŋutɔ ɖe la me ene. Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike, deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o. Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta. Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta. Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu. Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa. Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me. Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi. Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo. Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae. Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/20-0718931b1a2d116e9ef39bdf96e2e90e.mp3?version_id=1613,"Le ƒe si me Asiria fia Sargon dɔ eƒe aʋafiagã ɖe Filistitɔwo ƒe du, Asdod me, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe la, ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim. Yehowa gblɔ be, “Abe ale si nye dɔla Yesaya si le afɔ ƒuƒlu zɔm ƒe etɔ̃ sɔŋ ene, nu si nye dzesi kple kpɔɖeŋu na Egipte kple Kus la, nenema ke Asiria fia aɖe aboyo Egipte kple Kus, aɖe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woatsɔ ado ŋukpe Egipte, Ame siwo ɖo ŋu ɖe Kus ŋu, eye wotsɔa Egipte ƒoa adegbee la, woavɔ, eye ŋu akpe wo. Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/21-d5e8948cff4080391a145c5ac28fca90.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu. Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe, anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom tuna toa anyigbemenyigba dzi ene. Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu. Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta. Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya. Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam. Woɖo kplɔ̃wo. Nuwo katã sɔgbe, woɖu nu, wono nu! Kasia ɣli ɖi be, mitso, mi amegãwo ne miasi ami na miaƒe akpoxɔnuwo. Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Yi nàɖo gbetakpɔla, eye na wòaɖe gbeƒã nu siwo katã wòkpɔ. Ne ekpɔ tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe hã, tedzidolawo kple kposɔdolawo la, ekema neɖo to, wòagaɖo to nyuie.” Gbetakpɔla ɖe gbe abe dzata ene be, “Nye Aƒetɔ, metsi tsitre ɖe nye dzɔƒe la gbe sia gbe kple zãwo katã me. Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna, eye wòna ŋuɖoɖo siam be, ‘Babilonia mu, gamu. Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’ ” O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene, megblɔ nu siwo katã Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de asi nam be magblɔ la na mi. Esiae nye Mawu ƒe nyagblɔɖi ɖe Duma ŋu. Ame aɖe yɔm tso Seir be, “Gbetakplɔla, zã gbɔ tsɔa? Gbetakpɔla zã gbɔ tsɔa?” Gbetakpɔla ɖo eŋu be, “Esusɔ vie ŋu nake, gake zã agado ake. Nya si nèdi be yeabia la, biae, gake gatrɔ gbɔ.” Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu. Mi asiha siwo tso Dedam, ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Arabia ƒe avekɔewo me, mi ame siwo le Tema, miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum. Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo, elabena wosi le yi si woɖe le aku me la kple da si me wovu kpakple aʋa si dzi ŋɔ la nu. Ale Aƒetɔ la gblɔ nam nye esi, “Le ƒe ɖeka me tututu abe ale si awɔbamenɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, Kedar ƒe atsyɔ̃ katã nu ayi. Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/22-e7a0f0f9688e64dc451b6649f525fcd1.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame? O! Hoowɔwɔ ƒe du, ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du, nu kae le wɔwòm? Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o, eye menye aʋa hãe wotsi o. Wò dumegãwo katã si dzo; wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo, eye womeʋli wo ɖokui ta o. Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o hã la, wolé wò amewo katã, eye wozu aboyomewo. Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye mina mɔm mafa avi vevie. Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”, elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya, nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la, ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi, eye ɣli aɖi le towo tame. Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti, eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu. Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ, eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu. Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa, eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la vevie gbe ma gbe. Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo le David ƒe du la ŋu, eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me. Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem, hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã. Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome, helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme, gake miebia ame si wɔe la ta se o, alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso blema ke la ŋu o. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli. Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum. Miewu nyiwo, tso alẽwo; mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be, “Mina miaɖu nu, ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi, “Tso nàyi Sebna, nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu la gbɔ, nàgblɔ nɛ be, ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia, eye ame kae ɖe mɔ na wò be naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’ “Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò, eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ. Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba gã aɖe dzi. Afi ma nàku ɖo, eye afi ma wò tasiaɖam ɖablawo atsi. Wò ame si nye ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe. Maɖe wò ɖa le wò zi dzi, eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò. “Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi. Matsɔ wò awu ʋlaya ado nɛ; atsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, eye maxɔ wò nɔƒe atsɔ nɛ. Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/23-14c9081633c2dea3619f738b65bfd83f.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke. Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi kple mi asitsala siwo tso Sidon. Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe, Wotsɔ bli tso Sidon, nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me to tɔ gãwo dzi va Tiro abe adzɔnuwo ene, ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo. Ŋu nekpe wò, O! Sidon, wò mɔ sesẽ si le ƒuta, elabena atsiaƒu gblɔ na wò be, “Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o. Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.” Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie tso nu si wose tso Tiro ŋuti. Mitso ƒu va Tarsis; mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi. Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ, wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia? Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu, ame si ɖɔa fiakuku na amewo, eƒe adzɔdolawo nye amegãwo, eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo le anyigba dzii? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada, eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã ɖe anyi le anyigba dzi. O! Tarsis ƒe vinyɔnu, de agble ɖe Nil tɔsisi la to, elabena melidzeƒe megali na wò o. Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya. Eɖe gbe be woagbã Foenisia ƒe mɔ sesẽwo. Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.” Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa; tsã la, bubu menɔ wo ŋu o va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee na ame siwo nɔ gbegbe. Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma; ke ena wòzu aƒedo. Mi Tarsis melikulawo mifa avi, elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la! Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be, “Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me. O! Gbolo si wogbe, ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo, ale be woaɖo ŋku dziwò.” Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi; Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/24-febd802f246ec29e57efd5f408171832.mp3?version_id=1613,"Kpɔ ɖa, Yehowa le anyigba la tsrɔ̃ ge, eye wòawɔe wòazu gbegbe. Ele anyigba la ƒe ŋkume gblẽ ge, eye woakaka edzinɔlawo. Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila. Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ. Yehowae gblɔ nya sia. Anyigba la aƒu, eye edzinuwo ayrɔ. Nu ati kɔ na xexea me katã, eye nu gbagbewo ayrɔ ɖe tsitrenu. Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le anyigba dzi la hã axa nu. Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la, woda le sewo kple ɖoɖowo dzi, eye wotu nubabla mavɔ la, eya ta fiƒode anye atsyɔ anyigba la dzi, eye edzinɔlawo ƒe vodadawo ava woƒe ta dzi. Esia ta anyigbadzinɔlawo fia, eye ame ʋɛ aɖewo koe susɔ. Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia, wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum. Axatsɛ siwo ƒe gbe me kɔ la hã zi ɖoɖoe, Màgase dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ o. Kasaŋku siwo ɖina kple dzidzɔ la hã zi ɖoɖoe. Womegatsɔa hadzidzi noa wain o, eye aha sesẽ hã ve le nu me na enolawo Du gbagbã la zu aƒedo, eye wotu aƒe ɖe sia ɖe ƒe agbo. Wole ɣli dom le wain dim le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã. Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle, eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi. Du la zu aƒedo, eye wokaka eƒe agbowo. Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene. Ame ʋɛ siwo susɔ la kɔ gbe dzi hedo dzidzɔɣli; tso ɣetoɖoƒe woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye, eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa; mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ɖe dzi le ƒukpowo dzi. Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke, miese ha ƒe ɖiɖi be, “Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.” Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam. Wodem asi! Ametatrɔlawo dem asi!” O! Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple kamɔ le mia lalam. Ame si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me; ame si dze agbagba do le ʋe globo la me la, kamɔ aɖee, elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu, eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu. Anyigba wó, anyigba fe kpla, anyigba ʋuʋu sesĩe. Anyigba le mumum sɔgɔsɔgɔ abe ahanomunɔtɔ ene, ele ʋuʋum abe agbadɔ si me ya ɖo ene, elabena anyigbadzinɔlawo ƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃wo le ekpem ale gbegbe be adze anyi, eye magafɔ gbeɖe o. Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me kple fia siwo le anyigba dzi. Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla siwo le gaxɔ globo me ene. Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo le ŋkeke geɖe megbe. Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/25-a01efffdfaac913962f813162bd92412.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, wòe nye nye Mawu. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò, elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo. Èwɔ nu dzɔtsuwo, nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke. Èna du gãwo trɔ zu aƒedo, eye mɔ sesẽwo zu glikpo. Amedzrowo ƒe du sesẽwo maganye du anɔ anyi o. Womagbugbɔ wo atu akpɔ o, eya ta dukɔ siwo wɔa kalẽ la ade bubu ŋuwò, eye dukɔ nyanyrawo avɔ̃ wò, elabena Yehowa, wòe nye sitsoƒe na ame dahewo, xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me, bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu. Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene, eye abe dzoxɔxɔ sesẽ tso gbegbe ene; èna amedzrowo ƒe hoowɔwɔ nu tso abe ale si ne lilikpo xe ɣe ŋkume la, eƒe dzoxɔxɔ ɖiɖinae ene. Aleae nètsi ame nyanyrawo ƒe hadzidzi nue. Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu. Le to sia dzi, aɖe ameɖivɔ si me wobla amewo katã ɖo kple avɔ si wotsɔ tsyɔ dukɔwo katã dzi la ɖa. Ami ku tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le amewo ƒe ŋkume. Aɖe eƒe dukɔ la ƒe ŋukpe ɖa le anyigba blibo la dzi. Yehowae gblɔe. Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.” Yehowa ƒe asi anɔ to sia dzi, ke afanya Moab ɖe eƒe afɔ te abe ale si wofanyaa gbe ƒuƒu ɖe aɖu me ene. Akeke eƒe abɔwo ɖe dukɔ la dzi abe ale si tsiƒula kekea eƒe abɔwo ne ele tsi ƒum ene. Mawu aɖiɖi wo ɖe anyi le woƒe dada ta togbɔ be wotsɔ woƒe asiwo wɔ kalẽnu geɖewoe hã. Amu woƒe gli sesẽwo aƒu anyi, eye woakaka ɖe anyigba, agbã gudugudu, eye woazu kewɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/26-eb5f2597168826c82530a3f9858952af.mp3?version_id=1613,"Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be: Du sesẽ aɖe le mía si; Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe. Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme; dukɔ si lé xɔse me ɖe asi. Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò. Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowae nye Agakpe mavɔ la. Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi, ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi. Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke, eye wòtutunɛ dea ke me. Wotua afɔe ƒua anyi. Ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to lae tua afɔe. Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e; O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃. Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi. Nye luʋɔ le diwòm vevie le zã me, le ŋdi la, nye gbɔgbɔ tsia dzi ɖe ŋuwò vevie. Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖiɖi ɖe anyigba dzi la, xexemetɔwo srɔ̃a wò dzɔdzɔenyenye. Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la, womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o; le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la, wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko, eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o. O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo. Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí; nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí. O! Yehowa, míaƒe Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò, ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue. Azɔ la woku, womegale agbe o; ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o; èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi, eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be womagaɖo ŋku wo dzi o. Èkeke dukɔ la ɖe edzi, O! Yehowa; èna dukɔ la keke ta ɖe edzi. Èxɔ ŋutikɔkɔe na ɖokuiwò, eye nèkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi. Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me. Abe ale si nyɔnu si le ku lém la ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la, nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa. Fu le mía ɖum; míele ku lém, gake ya ko míedzi. Míetsɔ ɖeɖe va anyigba dzi o; míedzi ame siwo le xexea me o. Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go. Miheyi, nye amewo. Mige ɖe miaƒe xɔwo me, eye miatu ʋɔawo. Miɣla mia ɖokuiwo va se ɖe esime eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu nava yi. Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia, eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/27-2c73495a139336c27f0f4c96ab3b0c1e.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã. Le ŋkeke ma dzi la, “Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu. Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o. Nyemedo dziku o. Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la, anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã. Ema manɔmee la, woneva di sitsoƒe le gbɔnye; woneva míawɔ ŋutifafa, ɛ̃, woneva wɔ ŋutifafa kplim.” Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke; Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã. Ɖe Yehowa ƒoe ƒu anyi abe ale si Yehowa ƒo ame siwo ƒoe ƒu anyi la enea? Ɖe wòwui abe ale si wowu ame siwo wui la enea? To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii, etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene. To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o. Du si woglã la zu aƒedo, amenɔƒe si amewo megale o. Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le; afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o. Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka. Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/28-c8a0d7f60e44e727c220e251c260e0f0.mp3?version_id=1613,"Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo. Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku. Baba na du ma si nye dada na ame siwo wain flu tagbɔ na! Kpɔ ɖa, ame si sesẽ, nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ya si gblẽa nu la ene. Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene, be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe. Seƒoƒotsihe ma si nye Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo ƒe dada la, woafanyae ɖe afɔ te. Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ na balime nyonuku la anɔ abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ na mamlɛawo la ene; esi ame aɖe kpɔe la, egbee kaba heɖu. Gbe ma gbe la, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye gãnyenye ƒe fiakuku kple seƒoƒotsihe si dzeani na eƒe ame mamlɛawo. Anye afia nyui tsotso ƒe gbɔgbɔ anɔ ame si le ʋɔnu drɔ̃m la me. Anye ŋusẽ na agbonudzɔlawo le aʋaŋɔli. Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ, eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ eye wain na wole movinu wɔm. Aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me, eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu. Woɖe xe ɖe kplɔ̃wo katã dzi kpe ɖo, eye teƒe aɖeke meli si womeɖe xe ɖo o. “Ame ka wòle didim be yeafia nue? Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na? Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo alo vidzĩ siwo woɖe le no nua? Ele ale; se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi; afii ʋɛe, afi mɛ hã ʋɛe.” Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi kple aɖe tutɔwo dzi, ame si Mawu gblɔ na be, “Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye “Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”, gake womeɖo toe o. Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi, eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi. Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi, eye wonelé mi, eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi fewuɖula siwo le ame siawo dzi ɖum le Yerusalem. Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.” Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion, kpe si wodo kpɔ. Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o. Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o. Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu, tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe, eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe. Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me, eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o. Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la, adze mi katã dzi, eye miaɖo baba. Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe. Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.” Gbedeasi sia gɔmesese ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ. Aba la le kpuie akpã, màte ŋu adra ɖe edzi o. Abadzivɔ la mekeke woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o. Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene. Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ le Gibeon Balime la ene be wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o. Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu ne menye nenem o la, miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe anyigba blibo la ŋu nam. Mise nu si gblɔm mele na mi, eye miɖo to nya si tom mele na mi. Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la, ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia? Ɖe wògadzoboa anyigba, ganɔa edzadzraɖo dzia? Ne edzra anyigba ɖo vɔ la, ɖe meƒãa sikɔni kple adrike, lu kple ƒo ɖe agbakawo me, eye woƒãa bli ɖe agbleliƒowo dzi oa? Eƒe Mawu fiaa nue, eye wògblɔa nu nyuitɔ si wòawɔ la nɛ. Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie, eye wotsɔa ati ƒoa adrikee. Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe, eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o. Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la, menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o. Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ; ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/29-908fb236b28cbce1283dac7b238882e1.mp3?version_id=1613,"Baba na wò, Ariel, Ariel du gã, si me David nɔ. Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo nanɔ edzi yim ɖaa. Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu, ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene. Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo. Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe, eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò. Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume. Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me. Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene, eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene. Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene, eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene; kasia zi ɖeka kpoyi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ava kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe. Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti. Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi, eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e alo ŋutega le zã me ene. Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi, eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la, nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti. Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi. Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo. Mimu aha, ke menye wain o, minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o. Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi. Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo, eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo. Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.” Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.” Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi, “Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye, ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo, eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa kple nukunuwo ƒe nukunu. Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi, eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.” Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?” Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene! Ɖe ze agblɔ na zemela be. “Mènya naneke oa?” Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku, eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa? Gbe ma gbe la, tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene, eye tso blukɔ kple viviti me, ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu. Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu. Ŋutasẽlawo nu ava yi, fewuɖulawo maganɔ anyi o, eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela, ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu, eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea ame dzɔdzɔe nya mee. Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi, “Ŋu magakpe Yakob azɔ o. Woƒe mo magatsi dãa o. Ne wokpɔ wo viwo le wo dome; nye asinudɔwɔwɔwo la, woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi. Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye, eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la. Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la, gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/30-175f5ac3bda1d4c529417e3d3945d595.mp3?version_id=1613,"Yehowa be, “Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nu siwo nyemeɖo na wo o. Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmee eye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi! Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o, eye wosi Farao tso hebia tso esi be wòanye woƒe akpoxɔnu ne woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te. Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye na mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒe vɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi. Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan, eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la, ŋu akpe ame sia ame, elabena ame si wosi tso la mate ŋu aɖewo o. Womaxɔ na wo alo ana kpekpeɖeŋu wo o, negbe ŋukpe kple vlododo ko woakpɔ.” Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti. Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ, fli kple da toaʋalawo le la, afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina na dukɔ si mele ɖeke me o, na Egipte dukɔ si ŋu ŋutete aɖeke mele o. Eya ta meyɔe be Rahab, Wɔnavɔleŋutɔ. Azɔ la, yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo, ŋlɔe ɖe agbalẽ me be wòanye ɖaseɖiɖi tegbee hena ŋkeke siwo gbɔna. Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo, vi siwo mele klalo be yewoaɖo to Yehowa ƒe nufiamewo o. Wogblɔ na nukpɔlawo be, “Migakpɔ ŋutega azɔ o!” eye na nyagblɔɖilawo be, “Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o. Migblɔ nya viviwo na mí. Migblɔ alakpanyawo ɖi. Mite ɖa le mɔ sia dzi. Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na mí kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!” Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu, eye mieku ɖe beble ŋuti ta la, miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum, eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene. Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene. Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me alo aku tsii le zɔ me o.” Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le, eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le. Ke miegbe wo katã. Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’, eya ta miasi! ‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’ Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo. Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu, eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasi va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame kple aflaga le togbɛ dzi ene.” Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu; etso be yeakpɔ nublanui na mi, elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu. O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi. Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo. Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, “Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi.” Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.” Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo. Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe. Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa, eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe. Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu. Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisim abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene. Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me, eye wòtsɔ numega de nu me na dukɔwo hekplɔa wo tranae. Ekema miadzi ha le zã me abe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene. Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna ne wole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzi kple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene. Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya, tsidzadza sesẽ kple tsikpe. Yehowa ƒe gbe akaka Asiria ʋayaʋaya. Atsɔ eƒe fiatikplɔ axlã ɖe wo, woamu adze anyi. Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la, zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi. Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã. Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke. Dzo kple nake bɔ ɖe eme. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/31-70dae77c7126fbd07b02d37aa876ebc3.mp3?version_id=1613,"Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o. Ke nunyala vavã eya hã nye, eye wòate ŋu ahe gbegblẽ vɛ. Magbe nya si wògblɔ la dzi wɔwɔ o. Atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe ŋuti kple ame siwo kpena ɖe nu tovo wɔlawo ŋuti la ŋu. Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye, menye Mawu wonye o. Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o. Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te; ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi, eye wo kple eve la katã atsrɔ̃. Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi. Abe ale si xeviwo saa agbae le yame ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsyɔ nu Yerusalem dzie ahaxɔ nɛ. Ato etame ayi eye wòaɖee.” O! Israelviwo, mitrɔ va ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la gbɔ, elabena gbe ma gbe la, mia dometɔ ɖe sia ɖe agbe nu le klosalogba kple sikalegba siwo miaƒe asiwo wɔ hena nu vɔ̃ wɔwɔ la gbɔ. “Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe. Ŋɔdzi ana woƒe mɔ sesẽwo namu; ne wokpɔ aʋaflaga la ko la, dzidzi aƒo woƒe aʋakplɔlawo.” Yehowa, ame si ƒe dzo le bibim le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/32-b5da0179ba758f892db925619c9d137b.mp3?version_id=1613,"Kpɔ ɖa, fia aɖe aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me, eye eƒe dumegãwo aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu kple sitsoƒe le ahom me ene. Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe kple agakpe ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene. Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu. Ame mabutamewo ƒe susu anya nu, ase nu gɔme, eye ame siwo kukɔna la ƒe aɖe aƒo nu tẽe eme nakɔ. Womagayɔ bometsilawo be bubumewo, eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o, elabena bometsila gblɔa bometsinya, eye eƒe susu yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi. Enɔa agbe le Mawu mavɔmavɔ me, eye wògblɔa nya tatrawo ɖe Yehowa ŋu, menaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo o, eye wotea tsi tsikɔwuitɔwo. Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi. Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa, ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã. Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la, eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te. Mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mitso ne miaɖo tom. Mi vinyɔnuvi siwo le dziɖeɖi me. Miɖo to nya si magblɔ! Le ƒe ɖeka kple edzivɔ siwo gbɔna me la, mi ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la miaʋuʋu. Miaƒe wainkawo agbe tsetse, eye atikutsetse bubuwo hã matse na mi o. Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi! Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi, eye miasa akpanya ɖe ali. Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo, na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie, eye na nye amewo ƒe anyigba, anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo. Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia, si me wotua aglo le Mɔ sesẽwo aɖi gbɔlo. Du si me hoowɔwɔ nɔ la, azu aƒedo. Xɔ tsralawo kple gbetakpɔxɔwo azu abe agado ene tegbetegbe anye dzidzɔ na tedziwo kple gbeɖuƒe na lãhawo va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo, gbegbewo nagazu agbledeƒewo, eye agbledeƒewo nadze abe ave ene. Nuteƒewɔwɔ anɔ gbegbe, eye dzɔdzɔenyenye anɔ agbledenyigba dzi. Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa kple dzideƒo tegbetegbe. Nye amewo anɔ teƒe siwo ŋutifafa le kple aƒe siwo me dedinɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le. Togbɔ be kpetsiwo tsrɔ̃ avewo, eye wogbã du la gudugudu hã la, woayra mi ne mieƒã nu ɖe tɔʋu ɖe sia ɖe to, eye miena miaƒe nyiwo kple tedziwo ɖu gbe le ablɔɖe me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/33-dd431366c86bf728bd28d63e2bbb8a3e.mp3?version_id=1613,"Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò. O! Yehowa, ve mía nu; míele diwòm vevie. Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi. Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me. Ne èɖe gbe la, amewo sina, ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna. O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene. Wodo Yehowa ɖe dzi, elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee. Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion. Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo. Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ, dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃ anye safui na kesinɔnu sia. Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi. Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie. Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o. Nubabla la me gblẽ. Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo, eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o. Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene. Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi, eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ. Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu. Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò. Woafiã abe akalo ene, eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.” Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ. Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ! Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion, eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be, “Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu? Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.” Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o. Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe, eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame. Akpɔ abolo aɖu ɖaa, eye tsinono mahiãe o. Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me, eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge. Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be, “Afi ka amegã ma le? Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le? Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?” Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o, ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o. Wò ŋku nenɔ Zion dzi. Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le; wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem, ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o. Womaho eƒe tsyotiwo le tome alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o. Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me, anye míaƒe Ŋusẽtɔ le. Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene. Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la, made afi ma o eye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o, elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la. Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí, eye Yehowae nye míaƒe fia. Eyae nye ame si aɖe mí. Wò abaladokawo me gbɔdzɔ; womebla wò abaladotiawo sesĩe o; ale wò abalawo me meke o, eya ta woama afunyinu gbogboawo, eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe. Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o, eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu vɔ̃wo ake wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/34-6b446e4a55046fe9733522ec5a789062.mp3?version_id=1613,"Mite va, mi dukɔwo; miɖo to afii, miƒu to anyi, mi amewo! Mina be anyigba kple edzinuwo katã nasee, eye xexea me kple emenuwo katã hã nasee! Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu, eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu. Atsrɔ̃ wo gbidigbidi ahatsɔ wo ade asi be woawu. Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe. Woƒe ŋutilã kukuawo aƒaƒã anɔ ʋeʋẽm eye towo aƒo woƒe ʋu bekee. Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene. Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo. Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi; ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi. Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu. Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu, hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu, elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra, eye wòwu lã geɖewo le Edom. To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu, nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã. Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa, eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee, elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si, ƒe si me wòaxe nu vɔ̃ ŋu fe, eye wòatso afia na Zion. Edom ƒe tɔsisiwo me aƒu kplakplakpla. Ke si le anyigba la abi abe aŋɔe lé dzo ene, eye eƒe anyigba katã abi abe gbe ƒuƒu ene. Dzo la matsi o, zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi boo. Abi gbegbe tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke magato afi ma ayi akpɔ gbeɖe o. Azu nɔƒe na adzexewo. Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo. Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti, eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me. Naneke maganɔ anyi na woƒe bubumewo, woayɔ be fiaɖuƒe o. Woƒe dumegãwo hã nu ava ayi. Ŋu avu atsyɔ woƒe fiasã kɔkɔwo dzi, gbe fieŋuiwo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ sesẽwo me, eye anyigba la azu nɔƒe na asilãwo kple aƒe na golowo. Gbemelã vovovowo ado go kple amegaxiwo, eye gbedzigbɔ̃wo axlɔ̃ na wo nɔewo le afi ma. Anye nɔƒe na xe siwo nɔa zã me eye woakpɔ gbɔɖeme na wo ɖokuiwo le afi ma. Adzexe awɔ atɔ, aɖa azi ɖe eme le afi ma, aƒo vi, akpɔ viawo dzi, eye wòatsɔ eƒe aʋalawo atsyɔ wo dzi. Afi siae akagawo aƒo ƒu ɖo, atsu kple asi. Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia. Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o, ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o, elabena eƒe nue de se sia, eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu. Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo. Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo. Azu wo tɔ tegbee, eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/35-9e66c3ddf519fc9d4ebdb9bf728c53c0.mp3?version_id=1613,"Gbegbe kple anyigba si ƒu kplakplakpla la akpɔ dzidzɔ. Gbedadaƒo atso aseye ahaƒo se abe dzogbenya ene, aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli. Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ, Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo, eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃. Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la; migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be, “Misẽ ŋu, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu la gbɔna. Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo, eye wòaɖe mi.” Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu. Tekunɔ ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔ ado dzidzɔɣli, Tɔsisi aŋɔ ɖe gbegbe, eye tɔʋuwo asi tso gbedadaƒo. Blezibleziteƒewo atrɔ azu tsita eye anyigba si ƒu kplakplakpla la agbɔ agbe kple tometsi. Teƒe siwo nye amegaxiwo nɔƒe tsã la atrɔ azu lãnyiƒe azɔ, eye aƒlawo kple ati si ƒe aŋgbawo dzi woŋlɔa nu ɖo tsã la amie ɖe afi ma. Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma. Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ. Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o. Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi. Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o. Dzata alo lã wɔadã aɖeke mazɔ afi ma o. Womakpɔ wo dometɔ aɖeke le afi ma o. Ke ame siwo woɖe la koe azɔ afi ma. Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la koe atrɔ gbɔ. Woatsɔ hadzidzi age ɖe Zion; woatsɔ dzidzɔ mavɔ aɖo atsyɔ̃ na woƒe tawo. Dzidzɔ kple aseyetsotso adze wo ŋgɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/36-55b2c7a12c8069e39ec26e9624443f4c.mp3?version_id=1613,"Le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la, eye wòɖu wo dzi. Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la, Hilkia ƒe vi, Eliakim, ame si nye fiasã la ƒe dɔdzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la do go yi ɖakpee. Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be: “ ‘Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: Nu ka dzi nètu wò dzideƒo sia ɖo? Ègblɔ be, aʋawɔmɔnu tɔxɛwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le asiwò, ke nya ƒuƒluwo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋu nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe, atizɔti ma ŋu. Esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, aŋɔ asi nɛ ahade abi eŋu. Nenemae nye Egipte fia, Farao, na ame sia ame si aɖo ŋu ɖe eŋu. Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?” “ ‘Va azɔ nàtso gbe kple nye amegã, Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò, ne ànya kpɔ edolawo ko. Ekema aleke nàte ŋu anya nye amegã ƒe dɔla si nye suetɔ, togbɔ be nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be woakpe ɖe ŋuwò kple tasiaɖam kple sɔwo? Gawu la, ɖe meva be madze anyigba sia dzi, ahatsrɔ̃e Yehowa manɔmea? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be maho aʋa ɖe dukɔ sia ŋuti ne matsrɔ̃e.’ ” Tete Eliakim, Sebna kple Yoa gblɔ na aʋafia la be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aramgbe me, elabena míese Aramgbe. Mègaƒo nu na mi le Hebrigbe me o. Ne menye nenema o la, ame siwo nɔ anyi ɖe glia dzi la ase wò nyawo gɔme.” Aʋafiagã Rabsaki ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wobe miaƒe amegã kple miawo gbɔ ko nye amegã ɖom ɖo be magblɔ nya siawo na, eye ame siwo le glia dzi la mele eme oa? Woawo kple miawo siaa, miaɖu miawo ŋutɔ ƒe afɔdzi, eye miano miawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ.” Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nyawo! Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi o! Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’ “Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye, abolo kple waingblewo bɔ ɖo. “Migana Hezekia nable mi esi wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi’ o. Ɖe dukɔ aɖe ƒe Mawu te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? Afi ka Hamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afi ka Sefarvaim ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu xɔ Samaria le asinyea? Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigbawo tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asimea?” Ke ameawo katã zi ɖoɖoe, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se na wo be, “Migaɖo eŋu nɛ o.” Tete Hilkia ƒe vi, Eliakim, fiasã la dɔdzikpɔla, agbalẽŋlɔla Sebna kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la dze awu le wo ɖokuiwo ŋu heyi Fia Hezekia gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã aʋafiagã la gblɔ la nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/37-7869d786e86d96ca574b7c862741135a.mp3?version_id=1613,"Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ. Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene. Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.” Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ” Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna. Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya? Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa? Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?” Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume. Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be: “O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. “O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe. Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe. Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.” Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la, esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’ “Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò. Yerusalem vinyɔnu ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ. Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti? Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo, eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie! To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le. Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi, eye meno wo me tsi le afi ma. Mena Egipte tɔʋuwo mie le nye afɔ te.’ “Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago. Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si. Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo. Wole abe nukuwo le agble dzi ene, nu miemie fɛ̃wo le bo dzi kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene. Ŋdɔ sesẽ ɖu wo, eye woyrɔ le esime wometsi o. “Ke menya afi si nèle. Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna, eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye. Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo. “O! Hezekia, esia anye dzesi na wò: “Ƒe sia me la, àɖu nuku si mie le eya ŋutɔ ɖokui si, eye le ƒe evelia me la, àɖu nu si mie tso gbãtɔ me. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu. Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku, elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome, eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme. “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi, “Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o. Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.” Yehowae gblɔe. “Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David, nye dɔla ta!” Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ. Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma. Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/38-9c2adc46b83b36944c02fa2d9338ed5e.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ” Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli. Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: “Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.” Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta. “ ‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo. Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo. Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe: Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?” Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o. Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o; nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi kple ame siwo le xexe sia me o. Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la, nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli. Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli, gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene, eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu. Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.” Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam, eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi. Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe. Le nye agbemeŋkekewo katã me, le nye luʋɔ ƒe vevesese ta. O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo, eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me. Èna mehaya, eye nègana mele agbe. Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò. Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o, ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o, eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o. Ame gbagbewo koe akafu wò abe ale si mele wɔwɔm egbe ene, eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo. Yehowa aɖem, eye míadzi ha kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me, le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.” Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/39-e2d4ef6fa13e9e67230ebcfba1b900a6.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya. Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o. Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.” Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wokpɔ nu sia nu si le nye fiasã la me. Naneke mele nye kesinɔnuwo dome si nyemefia wo o.” Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ. Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe. Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.” Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/40-2dc707cac6b38e4f0cf54962b6f0b79a.mp3?version_id=1613,"Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo, miaƒe Mawu lae gblɔe. De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be, eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu. Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta. Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la. Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi; anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e, eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe. Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye amegbetɔƒomea katã akpɔe, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.” Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!” eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?” “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene. Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi. Vavãe amewo katã le abe gbe ene. Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.” Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion, lia to kɔkɔ aɖe. Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli, kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o; gblɔ na Yuda ƒe duwo be, “Miaƒe Mawue nye esi!” Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti, eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti. Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene; alé alẽviawo ɖe abɔdome, alé wo ɖe eƒe akɔnu, eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle. Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe? Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me alo da towo le nudanu me kple togbɛwo le nudanu dzi? Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ? Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe? Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe? Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene, eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi abe ʋuʋudedi ko wonye ene. Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o, eye eƒe lãhawo hã mesɔ gbɔ ade numevɔsawo nu o. Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o. Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko. Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu, eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii? Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ. Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu, eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ. Ame dahe si, si nu siawo mele o la wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ. Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be wòakpa aklamakpakpɛ, eye wòalii be mamu adze anyi o. Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa? Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa? Ɖe miese egɔme tso anyigba ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa? Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene. Eɖea bubu le amegãwo dzi, eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo wozua nu maɖinuwo. Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o, womekpɔ to ke ɖe anyigba me o, kasia egbɔ ɖe wo dzi, woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene. Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii alo ame kae sɔ kplim?” Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o. O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel, nu ka ta nègblɔ be, “Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?” Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa? Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la. Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla. Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o. Eƒe nugɔmesese goglo. Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o. Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ. Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna. Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu, eye wodzea anyi, gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/41-21383b29e4e3f478dad08e825dc0a115.mp3?version_id=1613,"“Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me! Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu! Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu. Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe. “Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe, heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ? Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume. Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ, eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene. Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o, gake naneke mewɔe o. Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.” Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃. Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe, woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe; ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.” Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula, ganutrela de dzi ƒo na zudala. Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.” Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o. “Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia. Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo. Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o, eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te. “Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o. Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko, elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’ Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe. “Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woazu fufu. Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. “Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o. Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame, eye tometsiwo nasi to balimewo. Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo, eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo. Mana sedati, logoti, gboti kple amiti namie ɖe gbegbe, eye mana xeti, fɔfɔli, kple sesewu namie ɖe dzogbe. Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.” Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to. Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe. “Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí. Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí. Nya kae le etsɔ si na mí ne mianya be mawuwoe mienye. Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃, ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí. Ke miele naneke hã me o, eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o. Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu. “Menyɔ ame aɖe tso anyiehe eye wòle mɔ dzi gbɔna. Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe, eye wòyɔa nye ŋkɔ. Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene, efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene. Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea, ne mienyae do ŋgɔ, ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’ Ame aɖeke megblɔ esia o. Ame aɖeke megblɔe da ɖi o; ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o. Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem. Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o, ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o. Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya si mebia wo la ŋu nam o. Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko! Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o. Woƒe legbawo hã nye ya kple tofloko ko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/42-5fcf3115c8737d89df1943591b63db60.mp3?version_id=1613,"“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te, nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le; matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo. Mafa avi alo ado ɣli alo woase eƒe ŋkɔ le mɔtata dzi o. Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o, eye matsi akaɖimeɖovu si le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o. Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me. Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi, eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.” Ale Yehowa, Mawu, ame si wɔ dziƒo, eye wòhe eme, ame si keke anyigba kple nu siwo katã doa go tso eme, ame si na agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, eye wòna agbe ame siwo zɔna le edzi la gblɔe nye esi. “Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me. Malé wò alɔnu. Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo kple kekeli na dukɔwo, be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo, be nàɖe ga gamenɔlawo, eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me. “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma! Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe alo kafukafu ana legbawo o. Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme, eye megale yeyewo gblɔm. Hafi woava dzɔ la, meɖe gbeƒã tso wo ŋuti na mi xoxo.” Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi, mi nu siwo le atsiaƒu me, mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi, midzi ha yeye na Yehowa. Midzi eƒe kafukafuha le anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi. Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye. Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ. Wonedo ɣli tso towo tame. Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi. Yehowa ado abe kalẽtɔ ene. Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene. Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi. “Mezi kpi eteƒe didi, mezi ɖoɖoe, eye melé ɖokuinye kpoo, ke azɔ la, abe nyɔnu si le ku lém ene la, mado ɣli, alɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo, eye manɔ gbɔgbɔm fuxefuxe. Makaka towo kple togbɛwo, mana gbe damawo katã naƒu, mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo, eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ. Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi, eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo. Esiawoe nye nu siwo mawɔ, nyemagble wo ɖi o. Ke ame siwo ɖoa dzi ɖe aklamakpakpɛwo ŋu, ame siwo gblɔna na legbawo be, ‘Míaƒe mawuwoe mienye’ la, woagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe gã. “Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkugbagbãtɔwo, mifɔ mo dzi, miakpɔ nu! Ame kae tsi ŋku, eye wòku to abe nye dɔla si medɔ la ene, ɖe menye nye dɔlae oa? Ame kae nye ŋkunɔ abe xɔ̃nye ene, eye wòtsi ŋku abe Yehowa ƒe dɔla ene? Èkpɔ nu geɖe, gake mètsɔ wo de ta me o, wò towo le ʋuʋu ɖi, gake mèse naneke o.” Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be, wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu. Ke esia nye ame siwo woda adzoe, eye woha wo; mɔ ɖe wo katã le dowo me, eye wobe ɖe gaxɔwo me. Wozu nuhaha, eye ame aɖeke meli axɔ na wo o. Wozu nu siwo woda adzoe, eye ame aɖeke meli agblɔ be, “Mitrɔ wo yii o.” Mia dometɔ kae aɖo to nu sia alo alé to ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu tsitotsito? Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa? Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto, eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o. Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi. Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o. Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/43-8dcf287a9546f6f8c740804514681eee.mp3?version_id=1613,"Ke azɔ la, ale Yehowa, ame si wɔ wò, O! Yakob, eye wòme wò, O! Israel, la gblɔe nye esi, “Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò. Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye. Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o, elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe. Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la, matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe. Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe. Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe, eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe. Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ, ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.” Mikplɔ ame siwo ŋku li na, gake womele nu kpɔm o la kple ame siwo to li na, gake womesea nu o la do goe. Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli. Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi, eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi? Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ, ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o. Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o. Nyee, ɛ̃, nyee. Nyee nye Yehowa. Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nye la, meɖee fia. Meɖe eme, eye meɖe gbeƒã be nyee, ke menye dzromawu siwo le mia dome lae o. Miawoe nye nye ɖasefowo.” Yehowae gblɔe. “Mianyae be nyee nye Mawu. Ɛ̃, nye koe tso blema ke. Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o. Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?” Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Le tawò madɔ ame ɖo ɖe Babilonia woaɖakplɔ Babiloniatɔwo vɛ abe aʋasilawo ene, eye woalɔ wo ɖe woƒe tɔdziʋu siwo dzi wodana ɖo la me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.” Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me, ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me, ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo, kple kalẽtɔwo ho aʋa, va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o. Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi: “Miŋlɔ blemanuwo be. Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o. Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm! Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa? Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi. Gbemelãwo, amegaxiwo kple golowo ade bubu ŋunye, elabena mena tsi do tso gbegbe, eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo, ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu. “Ke wò, Yakob, mèyɔm o. O! Israel, mèkpe fu ɖe tanye o. Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o. Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o. Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o, ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam, eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo. “Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o. Ɖo ŋku tsãnuwo dzi nam. Na míahe nya sia kple mía nɔewo. Gblɔ ale si wò nya dzɔe. Fofowò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃. Wò nyanuɖelawo dze aglã ɖe ŋutinye, eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta siwo le wò gbedoxɔ me. Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ, eye Israel na fewuɖuɖu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/44-381161074c5241e582d4767d28525708.mp3?version_id=1613,"“Ke azɔ la, ɖo to, o nye dɔla Yakob, Israel, ame si metia. Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia, elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi. Woamie abe gbe si le gbedzi ene, eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene. Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel. “Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Ekema ame kae sɔ kplim? Neɖe gbeƒãe. Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me, nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi kple nu si gbɔna eme va ge. Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ. Migadzo nyanyanya o. Migavɔ̃ o. Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia, eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea? Ao, Agakpe aɖeke megali o.” Ame siwo katã ha legbawo la, mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu wode asixɔxɔe la nye tofloko. Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo, numanyala siwo menya ŋukpe o. Ame kae kpa aklamakpakpɛ mawo, eye wòli legba si mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o? Woado ŋukpe aklamakpakpɛwɔla kple aklamakpakpɛ la siaa, elabena aɖaŋudɔwɔlawo hã, amegbetɔwo ko wonye. Wo katã neƒo ƒu ne woaɖo kpe nu dzi, ke hã la, woaƒo wo aƒu anyi kple ŋɔdzi kple dɔléle. Gbede tsɔ eƒe dɔwɔnu de gayibɔdzo me. Etsɔ eƒe zu wɔ dɔ le gayibɔ la ŋu kple eƒe abɔ sesẽ, eye wòwɔe wòzu legba. Dɔ wui, eye wògbɔdzɔ. Meno tsi o, ale nu ti kɔ nɛ vevie. Atikpala tsɔ nudzidzenu, eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze. Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe, eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee. Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me, le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me. Atikpala la lã sedati, papawu alo logoti. Ena wòtsi le avemetiwo dome. Ɖewohĩ edo gboti hã, eye tsidzadza na wòtsi. Ame la tsɔe wɔ nakee. Etsɔ ɖe do dzoe le ƒuƒum. Etsɔ ɖe do dzoe, me abolo. Etsɔ ɖe wɔ mawue. Ke etsɔ ɖe wɔ mawue hesubɔna, eye wòtsɔ ɖe wɔ aklamakpakpɛ hedea ta agu nɛ. Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi. Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo. Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be: “Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.” Etsɔ ati la ƒe mamlɛa wɔ aklamakpakpɛ, mawu si wòdea ta agu na hesubɔna. Edo gbe ɖa nɛ be, “Ɖem, wòe nye nye mawu.” Ame siawo menya naneke o. Womese naneke gɔme o. Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o, eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o. Nunya mele wo dometɔ aɖeke si wòagblɔ be, “Metsɔ afã wɔ nakee. Meme abolo gɔ̃ hã le eƒe dzokawo dzi, eye meme lã hã le edzi heɖu o. Ɖe matsɔ mamlɛa awɔ ŋunyɔnuea? Ɖe madze klo na atikpoa.” Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?” “Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob, elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel. Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye. O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o. Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.” O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel. “Ale Yehowa, wò Ɖela, ame si me wò ɖe dɔ me la gblɔe nye esi: “Nyee nye Yehowa si wɔ nuwo katã. Ame si he dziƒowo me, eye nye ŋutɔe keke anyigbawo me. Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me, eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo, ame si ɖea nunyalawo le zi dzi, eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi. Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’ Ame si gblɔ na tɔ goglowo be, ‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’ Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla, eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye. Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,” eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.” ’" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/45-2fc38c954c51f8c3c7f7017301874cc9.mp3?version_id=1613,"“Ale Yehowa gblɔ na Sirus, eƒe amesiamina, ame si ƒe nuɖusibɔ melé be matsɔ abɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume be maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si, ne maʋu mɔwo le eŋgɔ be agbowo matu le eŋgɔ o. Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò. Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo. Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me kple nu xɔasi siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la na wò, ne nànya be nyee nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe. Le Yakob, nye dɔla kple Israel, nye ame tiatia ta la, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò, togbɔ be mèdze sim o hã. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã. Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã. “Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe. “Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla. Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene. Ɖe anyi abia zemela be, ‘Nu ka mem nèle mahã?’ Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la, abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’ Baba na ame si gblɔna na fofoa be, ‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be, ‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’ “Ale Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ kple ekplɔla gblɔe nye esi: Ɖe nàbia gbem tso vinyewo ŋu alo aɖe gbe nam tso nye asinudɔwɔwɔwo ŋutia? Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi. Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me. Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã. Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus. Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe. Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋuti nam. Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Nu siwo wowɔ le Egipte, Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò. Woaɖo fli ɖe megbewò, eye woanɔ hame ava gbɔwò. Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be ‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali o.’ ” Vavãe, ènye Mawu si ɣlaa eɖokui. O! Mawu kple Israel ƒe Ɖela. Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe, eye woakpɔ vlododo. Wo katã woaɖu ŋukpe. Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ. Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o, elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o. Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be, ‘Midim dzodzro’ o. Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna, eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe. “Miƒo ƒu ne miava. Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me. Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta, eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o. Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ. Migblɔe ne woase. Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu. Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema, eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi? Ɖe menye nye Yehowae oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye. Ɖeke megali o, negbe nye koe. “Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o. Nye ŋutɔ meka atam. Nye nu gblɔ nya si mede megbe na, nya si womatrɔ gbeɖe o. Klo sia klo adze nam, eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue. Woagblɔ le ŋunye be, ‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’ ” Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la, atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe. Ke Yehowa mee Israel ƒe dzidzimeviwo katã akpɔ dzɔdzɔenyenye kple dodoɖedzi le." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/46-796b6bc753b98953e414ce2dbc173f6e.mp3?version_id=1613,"Bel de ta agu, Nebo do dɔgɔ̃e. Wotsɔ woƒe legbawo do agbae na agbatsɔlãwo. Numeme siawo zu agba wotsɔna nɔa yiyim, eye wozu agba na agbatsɔla siwo gbɔdzɔ. Wo katã wobɔbɔna hedea ta agu ɖekae, ke womete ŋu ɖe agba la ɖa o, eye woyi aboyome. “O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi va se ɖe miaƒe tsitsime esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la, nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te. Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi. “Ame ka miebe yewoatsɔm asɔ kplii alo agblɔ be esɔ kplim? Ame ka miagblɔ be mele abe eya ene, ne woatsɔe asɔ kplim? Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ. Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o. “Mi aglãdzelawo, miɖo ŋku edzi, milée ɖe susu me, eye wòanɔ dzi me na mi. Miɖo ŋku blemanuwo dzi, nu siwo dzɔ gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Nyee nye Mawu. Ɖeke megali o. Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke megali o; Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’ meyɔ xeƒonu tso ɣedzeƒe, eye tso anyigba didi aɖe dzi. Meyɔ ame aɖe be wòana nye tameɖoɖowo nava eme. Nu si megblɔ la, eyae mana wòava eme. Nu si meɖo la, eya ke mawɔ. Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi, ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye. Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae be wòate ɖe mia ŋu. Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o, eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o. Mana ɖeɖe nado na Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/47-5b0e954323a946d9550b4c7ed15839e0.mp3?version_id=1613,"“Ɖi ɖe anyi nànɔ ke me, wò Babilonia ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o. Wò Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu, nɔ anyi ɖe anyigba, menye ɖe fiazikpui dzi o. Womagayɔ wò be lɔlɔ̃vi alo ame si woalé be na o. Yi te dzi nàtu wɔ. Ɖe wò motsyɔvɔ da ɖi. Klo wò avɔ ɖe dzi. Na wò afɔwo nadze, eye nàtso tɔwo. Woaɖe amama wò, eye woaklo nu le wò ŋukpeƒe dzi. Mabia hlɔ̃, eye nyemaɖe ame aɖeke le eme o.” Miaƒe Ɖelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. “Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu nɔ anyi le ɖoɖoezizi me. Yi ɖe blukɔ me. Womagayɔ wò be, Fiaɖuƒewo ƒe fianyɔnu o. Medo dziku ɖe nye amewo ŋuti, eye medo gu nye domenyinu. Metsɔ wo de asi na wò, eye mekpɔ nublanui na wo o. Ètsɔ kɔkuti kpekpe da ɖe ametsitsi belibeliwo gɔ̃ hã dzi. Ègblɔ be, ‘Nye la, mayi edzi tegbee. Manye fianyɔnu yi ɖe mavɔ me!’ Ke mèbu nu siawo ŋu alo de ŋugble le nu si ava dzɔ la ŋu o. “Ke azɔ la, ɖo to afii. Wò nugblẽla vloe si ɖe dzi ɖi blewu le wò dedinɔnɔ me, eye nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Nyemanye ahosi alo ana vinyewo natsrɔ̃ o.’ Esiawo kple evea katã ava dziwò le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi. Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi. Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã. Èka ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔnyenye dzi hegblɔ be, ‘Ame aɖeke mekpɔam o.’ Wò nunya kple gɔmesese ble wò nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.’ Gbegblẽ aƒo ɖe dziwò, eye mànya ale si nàwɔ asa gbe adee wòadzo o. Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, esi màte ŋu aɖe ɖa kple awɔbanu o. Tsɔtsrɔ̃ si mèle mɔ kpɔm na o la, aƒo ɖe dziwò kpoyi. “Eya ta yi wò amlimagbesawo, wò nukakawo dzi, esiwo me nèƒo ɖokuiwò ɖo tso wò ɖevime ke. Ɖewohĩ akpɔ dzidzedze, ɖewohĩ ahe ŋɔdzi vɛ. Aɖaŋudede gbogbo siwo katã nèxɔ la, ɖeko wona nègbɔdzɔ! Na wò ɣletivimenunyalawo nava. Ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu hegblɔa nya ɖi dzinu sia dzinu la, na ne woaɖe wò tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò la me. Vavãe wole abe atitakpo ƒuƒu ene. Dzo afia wo katã. Womate ŋu aɖe wo ɖokui gɔ̃ hã tso dzo ƒe aɖewo me o. Afi sia dzoka xɔxɔwo meli ame aɖeke naƒu o. Afi sia womedo dzo ɖi, ame aɖeke naƒu o. Ame siwo nèwɔ dɔ sesẽwo kpli, eye nèzɔ mɔ geɖewo kpli wo tso wò ɖevime ke la, esia koe nye nu si woate ŋu awɔ na wò. Ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ le vodada me, eye ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si aɖe wò o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/48-f1340a35726bc5b93495b79fc8553324.mp3?version_id=1613,"“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia. Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo, eye mietso Yuda ƒe dzidzime me. Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ, eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o. Mi ame siwo yɔa mia ɖokuiwo be du kɔkɔe la me tɔwo, eye mieɖo ŋu ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Megblɔ nu siwo dzɔ va yi la da ɖi xoxo. Metsɔ nye nu ɖe gbeƒã wo, eye mena mienya wo. Meɖe zɔ, kasia wo katã wova eme, elabena menya ale si miaƒe dzi me sẽe. Miaƒe kɔwo lia abe gakpo ene, eye miaƒe tagbɔ sẽ abe akɔbli ene, eya ta megblɔ nu siawo na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Hafi woava adzɔ la, meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be, ‘Nye legbawoe wɔ wo. Nye aklamakpakpɛwo kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o. Miese esiawo katã. Mikpɔ wo katã ɖa. Ɖe mialɔ̃ be wole eme oa? “Tso azɔ dzi la, maƒo nu tso nu yeyewo ŋu na mi, tso nu siwo le ɣaɣla, eye mienya wo o la ŋuti na mi. Fifia ko wowɔ wo. Wo wɔɣi medidi o. Miese woƒe ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o, eya ta miate ŋu agblɔ be, ‘Ɛ̃ mienya wo’ o. Miesee kpɔ loo alo se egɔme o. Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o. Menya ale si miebaɖae la nyuie. Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo. Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la, mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe. Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o, be nyematsrɔ̃ mi o. Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o. Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me. Le nye ŋutɔ ta, mewɔ esia ɖo. Aleke maɖe mɔ be woaɖi gbɔ̃m? Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe na ame bubu o.” “O! Yakob, ɖo tom, Israel, ame si meyɔ. Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã. Nye ŋutɔe tsɔ nye asiwo ɖo anyigba gɔme anyi, eye nye nuɖusibɔe metsɔ keke dziwo mee. Ne meyɔ wo la, wo katã wotsona ɖekae. “Mi katã miva ƒo ƒu ne miaɖo to afii. Legbawo dometɔ kae gblɔ nu siawo da ɖi? Ame si Yehowa tia la ana Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖe Babilonia ŋu nava eme, eye wòakɔ eƒe abɔ dzi ɖe Babiloniatɔwo ŋu. Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe. Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me. “Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia, nyemeƒo nu le bebeme o.” Esi wòva eme la, menɔ afi ma? Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ. Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si fiaa nu si nyo na wò la wò, ame si fiaa mɔ si nàto la wò. Nenye ɖe nèɖo to nye sededewo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ sisim abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoe ene. Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene, eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene. Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.” Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ! Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe. Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob” Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o. Ena tsi do tso agakpe me na wo. Egbã agakpe la, eye tsi do bababa. Yehowa be, “Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/49-ae0b10915b8bd76987d85163f8e98006.mp3?version_id=1613,"Miɖo tom, mi ƒukpowo, mise nya sia, mi didiƒe dukɔwo: Hafi woava dzim la, Yehowa yɔm. Tso nye vidzĩ me wòyɔ nye ŋkɔ. Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me. Egblɔ nam be, “Wòe nye nye dɔla, Israel, si me maɖe nye atsyɔ̃ afia le.” Ke megblɔ be, “Nye agbagbadzedzewo nye dzodzro. Megblẽ nye ŋusẽ ɖe yame, eye nyemeɖe vi aɖeke o. Ke hã la, nu si nye tɔnye gome la, le Yehowa ƒe asi me, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.” Azɔ la, ale Yehowa, ame si mem ɖe dɔ me be manye yeƒe dɔla la, be makplɔ Yakob gbɔe ne maƒo ƒu Israel ɖe egbɔ, elabena wode bubu ŋunye le Yehowa ŋkume, eye nye Mawu nye nye ŋusẽ la gblɔe nye esi: “Nu tsɛ ko wònye le ŋkuwò me be, nènye nye dɔla, be nàgaɖo Israel ƒe towo te, eye nàkplɔ Israel ƒe ame siwo mesusɔ ɖi la gbɔe. Gawu la, mawɔ wò nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o la, be nàhe nye ɖeɖe vɛ na anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.” Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le nye dɔmenyo ƒe ɣeyiɣiwo me la, matɔ na wò, eye le xɔxɔgbe makpe ɖe ŋu wò. Malé wò ɖe asi, eye mawɔ wò nànye nubabla na amewo, be nàgbugbɔ anyigba aɖo te, eye nagbugbɔ eƒe domenyinu siwo tsi yame la ama, ekema nàgblɔ na aboyomenɔlawo be, ‘Mido va’, eye na ame siwo le blukɔ me la be, ‘Miva kekeli nu!’ “Woaɖu nu le mɔwo to, eye woakpɔ gbeɖuƒe le togbɛ ƒuƒluwo tame. Dɔ kple tsikɔ magawu wo azɔ o. Dzogbe xɔdzo alo ŋdɔkutsu magaɖu wo azɔ o. Ame si kpɔa nublanui na wo la anye woƒe mɔfiala, eye wòakplɔ wo ayi tɔʋuwo to. Matrɔ nye towo katã woazu mɔtatawo, eye woakɔ nye mɔ dodowo ɖe dzi. Kpɔ ɖa, woatso teƒe didiwo ava. Ɖewo atso anyiehe, ɖewo atso ɣetoɖoƒe, eye ɖewo hã atso Aswan nutowo me.” Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie. Ke Zion gblɔ be, “Yehowa gblem ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be.” “Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o! Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me, eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa. Viwò ŋutsuwo ɖe abla trɔ gbɔ, eye ame siwo ha mi la dzo le mia gbɔ. Mifɔ mo dzi, eye miatsa ŋku godoo. Mia viŋutsuwo katã aƒo ƒu ava mia gbɔ, zi ale si mele agbe.” Yehowae gblɔe. “Miado wo abe ale si wodoa atsyɔ̃ɖonuwoe ene, eye miatsɔ wo ado abe ale si ŋugbetɔ doa nu ene. “Togbɔ be wogbã mi, miezu aƒedo, eye miaƒe anyigba zu gbegbe hã la, azɔ la, anɔ sue akpa na wò amewo, eye ame siwo vuvu mi la, anɔ adzɔge na mi. Vi siwo wodzi na mi le miaƒe konyifaɣiwo me la, agblɔ ɖe to me na mi be, ‘Teƒe sia le sue akpa na mí. Mina teƒe keke mí míanɔ.’ Ekema àgblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae dzi ame siawo katã nam? Kunyawo dzɔ ɖe dzinye, eye metsi ko. Woɖe aboyom hegbe nu le gbɔnye. Ame kae nyi ame siawo wotsi? Nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, ke ame siawo ɖe afi ka wotso?’ ” Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo, makɔ nye aflaga dzi na amewo. Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ, eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ. Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.” Ɖe woate ŋu axɔ nu siwo kalẽtɔwo ha la le wo si alo axɔ aboyomewo le ŋutasẽlawo sia? Ke ale Yehowa gblɔ nye esi, “Ɛ̃, woate ŋu axɔ nuhahawo le kalẽtɔwo si, eye woaɖe aboyomewo le ŋutasẽlawo ƒe fego me. Mawɔ avu kple ame siwo awɔ avu kpli wò, eye maɖe viwòwo. Mana ame siwo te wò ɖe enyi la naɖu woawo ŋutɔ ƒe ŋutilã, eye woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu wòamu wo abe wain ene, ekema amegbetɔƒomea anyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò Xɔnametɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/50-661ea8570515bef85f2fb7bf050e2b7f.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo. Nu ka ta esi meva la, ame aɖeke meli o? Nu ka ta esi meyɔ mi la, ame aɖeke metɔ o? Ɖe nye abɔ to ɖe me be mate ŋu aɖe mi oa? Ɖe ŋusẽ mele ŋunye be maxɔ na mi oa? Gbe ko meɖe, tete atsiaƒu mie. Mena tɔsisiwo zu gbegbe, eye lã siwo le wo me la ƒaƒã, elabena tsi mie le wo ŋu, eye tsikɔ wu wo woku. Metsɔ viviti tsyɔ lilikpo ŋgɔ, eye mena akpanya zu edzitsyɔnu.” Aƒetɔ Yehowa tsɔ nufiala ƒe aɖe nam be manya nya si matsɔ ado ŋusẽ ame si gbɔdzɔ lae. Enyɔam ŋdi sia ŋdi. Eʋua nye to be mase nu abe ame si wole nu fiam la ene. Aƒetɔ Yehowa, ʋu nye towo, eye nyemadze aglã o, nyemegbugbɔ yi megbe hã o. Metrɔ nye dzime na ame siwo ƒom, metrɔ nye tome na ame siwo nyɔa ge nam la. Nyemeɣla nye mo ɖe fewuɖulawo kple ame siwo nyɔa ta ɖe mo nam o. Esi Aƒetɔ Yehowa, kpena ɖe ŋunye ta la, ŋu makpem o, eya ta mewɔ nye mo wòse abe hlihakpe ene, eye menya be ŋu makpem o. Ame si ɖeam le nya me la tsɔ ɖe gbɔnye, eya ta ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye? Nena míado go ŋkume kple ŋkume! Ame kae nye nunyetsola? Nekpe avu kplim! Aƒetɔ Yehowae kpe ɖe ŋunye. Ame ka ate ŋu abu fɔm? Wo katã woanyunyɔ abe avɔ ene eye agbagblaʋui aɖu wo. Ame kae le mia dome si vɔ̃a Yehowa, eye wòwɔa eƒe dɔla ƒe nya dzi? Na ame si le viviti me zɔm, akaɖi mele esi o la naka ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye wòaɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋuti. Ke azɔ mi ame siwo katã do dzo, eye miewɔ akakatiwo na mia ɖokuiwo la, miyi, eye miazɔ le miaƒe dzo siwo miedo kple akakati siwo miesi la ƒe keklẽ nu. Esiae nye nu si miaxɔ tso asinyeme: Miamlɔ anyi ɖe fuwɔame me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/51-46545bdef4c9dbad72d342d03aacd9bb.mp3?version_id=1613,"“Miɖo tom, mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome, eye miedia Yehowa. Mikpɔ agakpe si me woɖe mi tsoe kple fukpekpe si me woɖe mi le la dzi. Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara, ame siwo dzi mi la dzi. Esi meyɔe la, eya ɖeka koe, gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe. Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ. Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ, eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene. Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma. “Nye amehawo, miɖo tom, nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye: Nufiame atso gbɔnye, eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anye kekeli na dukɔwo. Nye dzɔdzɔenyenye gbɔna kple du, nye ɖeɖe le mɔ dzi gbɔna, eye nye abɔ ahe afia nyui tsotso vɛ na dukɔwo. Ƒukpowo akpɔ mɔ nam, eye woalala kple mɔkpɔkpɔ anɔ nye alɔ sinu kpɔm. Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo, mide mo to ne miakpɔ anyigba. Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene. Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene, ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o. “Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe. Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le, migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o, eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o, elabena gbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye ŋɔ aɖu wo abe ɖetifu ene. Ke nye dzɔdzɔenyenye la anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.” Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado. Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene. Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ, eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa? Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔ goglo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu me be ame siwo woɖe la nato edzi ayi oa? Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo. “Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene? Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa, wò Wɔla, si keke dziƒowo me, eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be? Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta, ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu? Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ? Woaɖe ga gamenɔla siwo le vɔvɔ̃m la kpuie. Womaku ɖe gaxɔ me loo alo abolo nahiã wo o, elabena nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si de adã atsiaƒu me be ƒutsotsoewo dze agbo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Metsɔ nye nyawo de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te. Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi, eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’ ” Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ, wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me. Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio, kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ. Viŋutsu siwo katã wòdzi la ɖeke meli afia mɔe o. Viŋutsu siwo katã wònyi la, ɖeke meli alé eƒe alɔnu o. Dzɔgbevɔ̃e evee dzɔ ɖe dziwò, ame kae ate ŋu afa akɔ na wò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi ƒo go wò, ame ka ate ŋu afa akɔ na wò. Nu te viwò ŋutsuwo ŋu. Womlɔ mɔtata ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi abe avugbɔ̃e si ɖo mɔ me la ene. Yehowa ƒe dɔmedzoe kple wò Mawu la ƒe mokaname ɖi ƒo na wo, eya ta ɖo to afii, wò ame si kpe hiã, eye nèmu aha, evɔ mèno wain hã o. Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o. Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela siwo gblɔna na wò be, ‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’, eye nèwɔ wò dzime abe anyigba kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/52-2b51081f13d4183423fbc94179b7d2cb.mp3?version_id=1613,"Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ. Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta. O! Yerusalem, du kɔkɔe. Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o. Ʋuʋu ke le ŋutiwò. Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi. O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa. Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe, eya ta woagbugbɔ mi axɔ, gake menye kple ga o.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma. Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie. “Ke azɔ la, nu kae le asinye le afi sia?” Yehowae gblɔe. “Esi me wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ, eye wo dziɖulawo ɖua fewu le wo ŋu.” Yehowae gblɔe. “Gbe sia gbe wole gbɔ̃ ɖim nye ŋkɔ, eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ, eye le ŋkeke ma dzi la, woanya be nyee gblɔe da ɖi. Ɛ̃, be nyee.” Du nyui tsɔlawo ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa, ame siwo hea gbedeasi nyuiwo vɛ. Ame siwo ɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ, eye wogblɔna na Zion be, “Wò Mawu nye fia ɖaa!” Ɖo to afii, wò gbetakpɔlawo kɔ woƒe gbewo dzi hedo dzidzɔɣli ɖekae. Ne Yehowa trɔ gbɔ va Zion la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo. Midzi dzidzɔhawo, mi Yerusalem ƒe gli kpowo, elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem. Yehowa aklo nu le eƒe abɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo ƒe ŋkume, eye anyigba ƒe mlɔenuwo ke hã akpɔ mia Mawu la ƒe ɖeɖe. Midzo, midzo, mido go le afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o. Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi. Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi. Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me. Woadoe ɖe dzi. Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu. Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti, eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be, megaɖi amegbetɔ o ene la, nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/53-04c0b3743c2327c6d4ac4a434c248bc4.mp3?version_id=1613,"Ame kae xɔ miaƒe gbedeasi la dzi se, eye ame ka ŋue woɖe Aƒetɔ la ƒe alɔ fia ɖo? Edze abe atilɔ fɛ̃ ene le eŋkume, eye wòle abe ke si woɖe le anyigba ƒuƒu me la ene. Nyonyo alo fianyenye mele eŋu ne eƒe nu nanyo mia ŋu o. Naneke mele eƒe dzedzeme ŋu si awɔe be wòadzro mí o. Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o. Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te, gake míebui abe ame si Mawu ƒo, eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene. Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí. Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi. Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o. Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge. Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o. Wolée, hedrɔ̃ ʋɔnui, eye wokplɔe dzoe. Ame ka ate ŋu aƒo nu le eƒe dzidzimeviwo ŋuti? Woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Le nye amewo ƒe dzidadawo ta woƒoe ɖo. Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye le eƒe ku me, wòmlɔ kesinɔtɔwo dome; evɔ mewɔ vɔ̃ aɖeke loo alo beble nɔ eƒe nu me o. Ke enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be wòagbãe gudugudu, ana wòakpe fu togbɔ be Yehowa tsɔ eƒe agbe wɔ fɔɖivɔsae hã la, akpɔ eƒe dzidzimeviwo. Adidi eƒe ŋkekewo ɖe edzi, eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme to eƒe asi dzi. Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la, akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme; to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te, eya ta mana gomekpɔkpɔe le ame ŋkutawo dome. Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo, elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke, eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene; evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/54-46d189ffffcd502a685098c3619400f6.mp3?version_id=1613,"“Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe. Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi, he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi; he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi, mègatoe ɖe eme o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu, eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe, elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me. “Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o. Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o, elabena womado vlo wò o. Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be, eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe vlododowo dzi o, elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu. Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ, abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le, eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene. Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime, eye srɔ̃a gblee ɖi la ene” Wò Mawu lae gblɔe. “Megble wò ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ wò agbɔe. Le nye dziku sesẽ la me meɣla nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe, gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi tegbee la ave nuwòe.” Yehowa, wò Ɖelae gblɔe. “Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene, esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la, magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o. Nenema kee meka atam azɔ be nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o eye nyemagaka mo na mi akpɔ o. Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la, nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o, eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.” Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe. “O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi. Matsɔ gbloti asrã wò xɔtamee, wò agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm, eye wò gliwo anye kpe xɔasiwo. Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu. Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me. Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò. Màvɔ̃ na naneke o. Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò, eye mate ɖe ŋuwò o. Ne ame aɖe wɔ avu kpli wò la, menye nyee dɔe o. Ame si awɔ avu kpli wò la, ana ta. “Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna, eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ. Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu; lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/55-984d9525e6b8f88b4d4bf0ad28bb7b3d.mp3?version_id=1613,"“Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum. Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o, miva ƒle nu ne miaɖu! Miva dze wain kple nyinotsi, menye kple ga o, ke boŋ femaxee. Nu ka ta miagblẽ ga ɖe nu si menye abolo o la ŋuti, eye miagblẽ miaƒe ɣeyiɣi ɖe nu si meɖia ƒodo o la ŋuti? Miɖo to, miɖo tom ne miaɖu nu si nyo, eye miaƒe luʋɔ akpɔ dzidzɔ ɖe nuɖuɖu nyuitɔ kekeake ŋuti. Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David. Kpɔ ɖa, metsɔe wɔ ɖasefoe na dukɔwo be wòanye kplɔla kple aʋafia na dukɔwo. Le nyateƒe me, miayɔ dukɔ siwo mienya o la aƒo ƒu, eye dukɔ siwo mienya o la aɖe abla ava mia gbɔ le Yehowa, miaƒe Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ta, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na mi!” Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu. Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ. Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu, eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu, netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ kple miaƒe Mawu la ŋu, elabena atsɔ wo akee faa. “Elabena nye susuwo menye miaƒe susuwo o eye miaƒe mɔwo hã menye nye mɔwo o,” Yehowae gblɔe. “Abe ale si dziƒowo kɔ boo tso anyigba gbɔe ene la, nenema kee nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo, eye nye susuwo kɔ wu miaƒe susuwo. Abe ale si tsi kple tsikpe dzana tso dziƒoe, eye megatrɔna yia dziƒo o, negbe ɖe wode tsi anyigba kple nuku siwo le edzi be woatse ku nyuiwo na agbledela, eye woanye abolo na ame si aɖui ene la, nenema kee nye, nye nya si do le nye nu me, matrɔ agbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o; negbe ɖe wòwɔ nu si medi kple nu si ta medɔe ɖo la hafi. Míado go kple dzidzɔkpɔkpɔ, eye woakplɔ mí le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo agli kple dzidzɔkpɔkpɔ le mia ŋgɔ eye ati kple gbe siwo le gbedzi la aƒo asikpe. Le ŋuve teƒe la logotiwo amie na mi, eye le aŋɔkawo teƒe la gbotiwo amie na mi. Esia tso Yehowa gbɔ be, wòanye dzesi mavɔ si womagblẽ akpɔ gbeɖe o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/56-102d960c2f50d563aa8908f30354629d.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Minɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ dzi, eye miwɔ nu si le dzɔdzɔe, elabena nye ɖeɖe tsɔ ɖe mia gbɔ, eye esusɔ vie woaɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go. Woayra ame si wɔna alea heléa eme ɖe asi sesĩe, ame si megblẽa kɔ ɖo na Dzudzɔgbe la o, ke boŋ wòléa eme ɖe asi, eye menana eƒe asi wɔa nu vɔ̃ɖi o.” Amedzro si tsɔ eɖokui na Yehowa la megagblɔ be, “Yehowa le ɖe nye ge ɖa le eƒe dukɔ la dome” o. Ŋutsu si wota hã megafa konyi agblɔ be, “Ati ƒuƒu ko menye” o. Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Ne ŋutsu siwo wota, lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, hetia nu si dzea ŋunye, eye wolé nye nubabla me ɖe asi goŋgoŋ la, mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me, esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo. Ke hena amedzro siwo ku ɖe Yehowa ŋu be woanye dɔlawo nɛ, woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe. Wo ame siwo katã lé nye Dzudzɔgbe me ɖe asi, womegblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye woku ɖe nye nubabla ŋu vevie la, woawoe makplɔ ava nye to kɔkɔe la dzi, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Maxɔ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa siwo wotsɔ va nye vɔsamlekpui dzi, elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.” Aƒetɔ Yehowa, ame si ƒo Israel ƒe amewo nu ƒu la be, “Magaƒo ame bubuwo nu ƒu, akpe ɖe ame siwo ƒo ƒu xoxo la ŋu.” Miva, mi lã wɔadãwo katã. Miva ne miavuvu nu, mi avemelã wɔadãwo katã! Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu. Wonye avu siwo ɖua nutsu; nu meɖia ƒo na wo o. Wonye alẽkplɔla siwo mesea nugɔme o. Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ, ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe viɖe dim. Ɖe sia ɖe doa ɣli be, “Miva, mina ne maku wain vɛ! Miva ne miano aha muame wòasu mi! Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/57-a57daed7bc069d39a061adfbc09dddfc.mp3?version_id=1613,"Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke mebua eŋu le eƒe dzi me o. Woɖea Mawumemewo ɖa, gake ame aɖeke mesea egɔme be ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be womagadze nu vɔ̃ɖi me o. Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me la yina ɖe ŋutifafa me, le ku me ke hã, wodzudzɔna. “Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo. Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo! Ame ka ŋue miele fewu ɖum le? Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo aɖe ɖe gota biɖaa na? Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo ƒe dzidzimeviwoe mienye oa? Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu, le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te. Mietsɔa mia viwo sãa vɔe le balimewo kple agakpetowo te. Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae nye wò gomekpɔkpɔ. Woawoe nye tɔwò. Woawoe nèƒoa aha ɖi na, eye nètsɔa nuɖuvɔsa hã naa wo. Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia? Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi. Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le. Ètsɔ wò trɔ̃subɔnuwo da ɖe wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe. Ègbe nu le gbɔnye. Èklo nu le wò aba dzi hede edzi, eye nèkekee ɖe edzi hebla enu kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃, eye nèkpɔ woƒe amame. Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami, eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu. Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke, eye wò ŋutɔ nèyi tsiẽƒe! Wò mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò, gake mèdi be yeagblɔ be, ‘Wo katã nye tofloko’ o. Èkpɔ be wò ŋusẽ gaɖo yeye me, eya tae nu mete ŋuwò o. “Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema, eye ame kae mievɔ̃ na nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o, eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti le miaƒe dzi me o? Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi tae mievɔ̃na nam oa? Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia, ke womaɖe vi aɖeke na mi o. Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la, ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi! Ya akplɔ wo katã adzoe, ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la, wo katã woaƒo ya adzo; ke ame si tsɔm wɔ eƒe sitsoƒee la, anyi anyigba la ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.” Woagblɔ be, “Mido mɔ, mido mɔ. Midzra mɔtata la dzi ɖo! Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”, elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi. Nyemanɔ fɔ bum ɖaa alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o, ne menye nenema o la, nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me, eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu. Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta. Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me, ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi. Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu. Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ. Matsɔ kafukafuha ade nu na Israel ƒe konyifalawo, eye ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa. Nye la, mayɔ dɔ wo katã.” Yehowae gblɔe. “Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene; esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ kple ba ɖem ɖe go.” Nye Mawu be, “Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖi la o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/58-cb80b2f0bbed9fc124381b768211d751.mp3?version_id=1613,"“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ. Wole diyem gbe sia gbe. Edze abe ɖe wotsi dzi be woanya nye mɔwo abe ɖe wonye dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe, eye womeŋlɔ woƒe Mawu ƒe sewo be o la ene. Wole afiatsotso dzɔdzɔe dim tso gbɔnye, eye wòdze abe ɖe wotsi dzi be Mawu nate ɖe wo ŋu kpokploe ene. Wobiana be, ‘Nu ka ŋuti míetsi nu dɔ, gake mède nu eme na mí o, eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo, gake mède dze sii o?’ “Evɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ la, miewɔ nu si dze mia ŋu, eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã. Miaƒe nutsitsidɔ la wua enu kple dzrewɔwɔ, kple avuwɔwɔ, gawu la, mietu kɔ mia nɔewo tamesesẽtɔe kple miaƒe asi vɔ̃ɖiwo. Migakpɔ mɔ be ne mietsi nu dɔ nenema la, woase miaƒe gbe le dziƒo o. Ɖe esia nye nutsitsidɔ si tɔgbi melɔ̃na be ame nabɔbɔ eɖokui le ŋkeke ɖeka ko mea? Tadede agu abe keti ene, akpanyadzimɔmlɔ kple dzofimemɔmlɔ koe nye nutsitsidɔa? Eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si dzea Yehowa ŋua? “Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa, be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa, woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo, ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to, eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa? Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa? Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò dɔyɔyɔ ado kaba. Ekema wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔ na wò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò. Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ, ne ètsi nu dɔ hetsɔ wò nuɖuɖu na dɔwuitɔ, eye nèkpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe hiahiãwo gbɔ la, ekema wò kekeli adze le viviti me, eye wò zã anɔ abe ŋdɔkutsu ene. Yehowa akplɔ wò ɖaa. Akpɔ wò hiahiãwo gbɔ le kuɖiɖinyigba dzi, eye wòado ŋusẽ wò ameti blibo la. Ànɔ abe abɔ si wode tsii nyuie kple vudo si memiena o ene. Wò amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu, eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi. Woayɔ wò be ‘Gli gbagbãwo ɖɔɖola kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.’ “Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la, ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye mana be nàɖi tsa ade anyigba ƒe kɔkɔƒewo ahaɖu fofowò, Yakob ƒe domenyinu.” Yehowa ƒe nue gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/59-c18f96488b38da11100ae97ccc2bafdd.mp3?version_id=1613,"Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ mele kpuie akpa be mate ŋu aɖe ame, alo eƒe to mexe be mate ŋu ase nu o; ke boŋ miaƒe nu vɔ̃woe ma mi kple miaƒe Mawu dome. Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla eƒe ŋkume ɖe mi be maɖo to mi o, elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu, eye vodada le asibidɛ ŋu na mi. Miaƒe nuyiwo da alakpa, eye miaƒe aɖewo gblɔ nya tovowo. Ame aɖeke meli si gblɔna be wometso afia dzɔdzɔe o. Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o, ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu. Wodaa alakpa. Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi. Woƒoa da ƒe aziwo, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ. Ame si ɖu woƒe aziwo la, aku, eye ne ɖe gbã la, ƒli ado tso eme. Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o. Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o. Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo, eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me. Woƒe afɔwo ƒua du gena ɖe nu vɔ̃ me, eye woɖea abla le ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi me. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo. Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ bɔ ɖe woƒe mɔwo dzi. Womenya ŋutifafa ƒe mɔ o. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele woƒe mɔwo dzi o. Wotrɔ woƒe mɔwo wozu mɔ gɔglɔ̃wo, eye ame siwo azɔ wo dzi ayi la, manya ŋutifafa o, eya ta nuteƒewɔwɔ le adzɔge na mi, eye dzɔdzɔenyenye metsɔ ɖe mia gbɔ o. Miekpɔ mɔ na kekeli, ke viviti sɔŋ ƒo xlã mi. Míekpɔ mɔ na xexea me ƒe kɔkɔ, ke blukɔ me boŋ ko zɔm miele. Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene, eye miele mɔ dim kple asi abe ame siwo mele nu kpɔm o la ene. Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene, eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene. Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene. Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, gake miekpɔ ɖeke o. Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe, gake metsɔ ɖe mia gbɔ o, elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom. Míenya míaƒe dzidadawo, eye míedze si miaƒe nu vɔ̃, siwo nye aglãdzedze, nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto, tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ. Ale wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ɖe megbe, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tsi tsitre ɖe adzɔge. Nyateƒe le nu klim le kpɔdomewo, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe ame o. Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o, eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha. Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu, ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o, eye medzɔ dzi nɛ o. Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o. Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o, ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui, eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te. Edo dzɔdzɔenyenye abe eƒe akɔtakpoxɔnu ene, eye xɔxɔ ƒe gakuku le ta nɛ. Etsɔ hlɔ̃biabia ƒe awuwo do, eye wòtsɔ ŋuʋaʋã xatsa ɖe eɖokui ŋu abe doɖedzi ene. Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu. Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo, eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo. Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo. Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu, elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ si le sisim kple ŋusẽ, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae ɖe du nu la ene. Yehowa be, “Ɖela ava Zion na Yakob ƒe ame siwo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.” Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/60-63ab086a2e7a66c69c05e0aa2242a7be.mp3?version_id=1613,"“Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò, elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi, eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi, gake Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò. Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ, eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ. “Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò. Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò, viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va, eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ. Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu. Wò dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ. Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la vɛ na wò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò. Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti. Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo, eye woadzi ha akafu Yehowa. Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò, eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò. Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi, eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la. “Ame kawoe nye ema le dzodzom le yame abe lilikpowo ene, alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene? Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam. Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo, lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae kple woƒe klosalo kple sika be woatsɔ ade bubu Yehowa, wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu, elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò. “Amedzroviwo agbugbɔ wò gliwo aɖo, eye woƒe fiawo asubɔ wò. Togbɔ be meƒo mi le nye dziku me hã la, le nye dɔmenyo me la, makpɔ nublanui na mi. Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa. Womatu wo akpɔ gbeɖe le ŋkeke me alo zã me o. Ale be amewo nate ŋu atsɔ dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na mi. Woƒe fiawo anɔ ŋgɔ le dziɖuɖu ƒe asaɖabɔbɔ la me, eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la, atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu. “Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò. Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na wò be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe. Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion. “Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò, eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ kple dzidzɔe na dzidzimewo katã. Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ekema ànyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela, eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò xɔnametɔ. Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe, eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe. Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò, eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe. Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò, eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò. Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi, tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o. Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ, eye wò agbowo be Kafukafu. Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o, elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe. Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o. Yehowa anye wò kekeli mavɔ, eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi. Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo, eye anyigba anye wo tɔ tegbee. Wonye ati fɛ̃ si medo, kple nye asinudɔwɔwɔwo be woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia. Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la azu dukɔ gã dranyi aɖe. Nyee nye Yehowa, le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/61-ad321131e30edc92694496ef396112da.mp3?version_id=1613,"Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me; ne maɖe gbeƒã. Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke, eye mafa akɔ na konyifalawo. Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo, ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe, kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ si bu mɔkpɔkpɔ teƒe. Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo, ati siwo Yehowa ŋutɔ do, be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae. Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso, eye teƒe siwo zu glikpowo hena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te. Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbe hena dzidzime geɖewo la atso. Amedzroviwo anye miaƒe agbleŋlɔlawo kple waingble dzikpɔlawo. Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo, eye woatsɔ ŋkɔ na mi be, miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesi siwo zu mia tɔ la ta. Le woƒe ŋukpe teƒe la, nye dukɔ la axɔ gomekpɔkpɔ teƒe eve. Le vlododo teƒe la, woakpɔ dzidzɔ ɖe woƒe domenyinyi ŋuti; ale woaxɔ domenyinyi ƒe teƒe eve le woƒe anyigba dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ anye wo tɔ. “Elabena nye Yehowa, melɔ̃ nuteƒewɔwɔ. Metsri adzodada kple nu vɔ̃. Maɖo eteƒe na wo le nye nuteƒewɔwɔ me, eye mabla nu mavɔ kpli wo. Woadze si wo viwo le dukɔwo dome kple woƒe dzidzimeviwo le xexemetɔwo dome. Ame siwo akpɔ wo la ade dzesii be woawoe nye ame siwo Yehowa yra.” Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene. Elabena abe ale si nuku mienae ene kple agble si dzi woƒã nu ɖo nana nuku la tsinae ene la, nenemae Aƒetɔ Yehowa ana be dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/62-b91ed1cce86f27c6fe1d095f35d366ce.mp3?version_id=1613,"Le Zion ta la, nyemazi ɖoɖoe o, le Yerusalem ta la, nyemazi kpi o, va se ɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye naklẽ abe kekeli ene, eye eƒe ɖeɖe nabi abe akakati ene. Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, eye fiawo akpɔ wò ŋutikɔkɔe. Woayɔ ŋkɔ yeye si Yehowa ƒe nu atsɔ na wò la na wò. Ànye atsyɔ̃kuku le Yehowa ƒe asi me kple fiakuku le wò Mawu ƒe asi me. Womagayɔ wò azɔ be Wogbe nu le egbɔ, alo ayɔ wò anyigba be Gbegbe o. Ke boŋ woayɔ wò be, Hefziba si gɔmee nye Eƒe nu nyo ŋunye, eye woayɔ wò anyigba be Biula, si gɔmee nye eɖe srɔ̃, elabena wò nu anyo Yehowa ŋu, eye wòaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene. Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe. O! Yerusalem, meɖo gbetakpɔlawo wò gliwo dzi. Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo zã me o. Mi ame siwo yɔa Yehowa, migagbɔ ɖe eme o, eye migana gbɔdzɔe o, va se ɖe esime wòaɖo Yerusalem te, awɔe wòanye kafukafunu le anyigba dzi. Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be, “Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwo wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o, eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la, nyemagana amedzrowo naxɔe ano o. Ke ame siwo xa nukuawo la, woaɖu wo, akafu Yehowa, eye ame siwo gbe waintsetseawo la, ano wo me ha le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.” Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo. Yehowa na woɖe gbeƒãe le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Migblɔ na Zion vinyɔnu la be, ‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna! Kpɔ ɖa, eƒe fetu kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’ ” Woayɔ wo be, “Ame kɔkɔewo. Yehowa ƒe Ame siwo wòɖe.” Ke wò la, woayɔ wò be, “Ame si dim wole vevie,” eye woayɔ wò be, “Du si gbɔ womagagbe nu le o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/63-d0b8058736021398177b051c6b3a3e37.mp3?version_id=1613,"Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom, eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo? Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃, eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me? “Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me. Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.” Nu ka ta wò awuwo biã abe ame si le wain fiam la tɔwo ene? “Nye ɖekae fia wain le wainfiaƒe, ame aɖeke metso dukɔwo dome va kpe ɖe ŋunye o. Mefanya wo le nye dziku me, eye menya avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Woƒe ʋue hlẽ ɖe nye awuwo me, eye woƒe ʋu ƒo nu siwo medo, elabena hlɔ̃biaŋkeke le nye dzi me, eye nye ɖeɖe ƒe ƒe la va ɖo. Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli ana kpekpeɖeŋu o. Nye mo wɔ yaa be ame aɖeke meva na kpekpeɖeŋu o. Tete nye ŋutɔ nye abɔ xɔ nam, eye nye dɔmedzoe lém ɖe te. Mefanya dukɔwo le nye dziku me. Le nye dɔmedzoe helĩhelĩ la me, mena womu aha, eye metrɔ woƒe ʋu kɔ ɖe anyigba.” Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la, egblɔ be, “Vavã nye amewoe wonye. Viŋutsu siwo mada alakpa nam o”, eya ta wòzu woƒe Ɖela. Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me, gake wodze aglã hedo dziku na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eya ta wòtrɔ ɖe wo ŋu hezu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ aʋa kpli wo. Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi, Mose kple eƒe amewo ƒe ŋkekewo hebia be afi ka ame si nye eƒe alẽhawo ƒe kplɔla, si kplɔ wo to atsiaƒu me la le? Afi ka ame si dɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe wo dome, ame si dɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe alɔ ƒe ŋusẽ be wòanɔ Mose ƒe nuɖusime la le? Afi ka ame si ma tsiwo le wo ŋgɔ be eƒe ŋkɔ nanyɔ tegbee, eye wòkplɔ wo to gogloƒe la le? Abe sɔ si le gbadzaƒe ene la, womekli nu o. Abe nyi si wokplɔ yina ɖe gbeɖuƒe ene la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme. Aleae nèkplɔ wò dukɔ lae be nàde bubuŋkɔ ɖokuiwò ŋu. Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wò ŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi. Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le? Woɣla wò bɔbɔenyenye kple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí, gake wòe nye mia Fofo, togbɔ be Abraham menya mí alo Israel nayi si dze ge mi o hã la, wò, o, Yehowae nye mia Fofo, mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ. O! Yehowa, nu ka ta nèna míetra tso wò mɔwo dzi hesẽ míaƒe dziwo me, be míede bubu ŋu wò o? Gatrɔ va le wò dɔla siwo nye to siwo nye wò domenyinuwo la ta. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wò teƒe, kɔkɔe la nɔ wò amewo ƒe asi me. Ke azɔ la, míaƒe futɔwo nya avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi. Tɔwòwoe míenye tso blema ke, gake woawo la, mèɖu fia ɖe wo dzi kpɔ o, eye womeyɔ wò ŋkɔ hã ɖe wo ŋu kpɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/64-92f2b2db0faa326f1d0a5e02a2e3a294.mp3?version_id=1613,"O, esi nàhadze dziƒowo me aɖi ava anyi, be towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me! Abe ale si nake léa dzoe, eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la, nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ, eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me, elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔ mɔ na o la, èɖiɖi va anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me. Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o. Èkpena ɖe ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe dzidzɔtɔe, eye wòɖoa ŋku wò mɔwo dzi la ŋuti, ke esi míegale nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ɖe ŋuwò la, èkpɔ dziku, eya ta aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe? Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene. Ame aɖeke meyɔa wò ŋkɔ alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o, elabena èɣla wò mo ɖe mí, eye le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, èna míevɔ le eme keŋkeŋ, gake hã la, o Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, anyie mienye eye wòe nye zemela. Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo. O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o. Mègaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi ɖaa o. O, nye kɔ nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku, elabena mí katã míenye wò amewo. Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion gɔ̃ hã zu gbegbe, eye Yerusalem zu aƒedo. Wotɔ dzo míaƒe gbedoxɔ kɔkɔe dzeani si me mia fofowo kafu wò le, eye nu siwo katã ŋuti míede asixɔxɔe la gblẽ. O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la, ɖe nàgade megbe tso mía ŋua? Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/65-220d11a53db463263dd4c3410550d221.mp3?version_id=1613,"“Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o, eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye. Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’ Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo me na dukɔ sẽto, ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la. Ame siwo le dɔmedzoe dom nam ɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe. Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwo le anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi, ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã, woƒe detsizewo yɔna fũu kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo. Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye. “Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa. Nyemazi ɖoɖoe o. Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie. Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo, miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa, elabena wosa vɔ le towo tame, eye wodo tokum le togbɛwo dzi. Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa, maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ, eye amewo gblɔna be, ‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la, nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu, nyematsrɔ̃ wo katã o. Mana dzidzimewo nado tso Yakob me, eye ame siwo axɔ nye towo woanye woƒe domenyinu la ado tso Yuda me. Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome, eye afi mae nye dɔlawo anɔ. Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo, eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe na nye ame siwo dia nye mɔ. “Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama, eye mieku wain si wotɔtɔ la, kplu banaa na Dzɔgbese la, maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã miado dɔgɔ̃e hena wuwu, elabena meyɔ mi gake mietɔ o. Meƒo nu gake mieɖo to o. Miewɔ nu tovo le nye ŋkume, eye mietia nu si metsri.” Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la dɔ awu mi. Nye dɔlawo ano nu; miawo la, tsikɔ awu mi. Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la woado ŋukpe mi. Nye dɔlawo adzi ha le woƒe dziwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miafa avi le dzi ƒe vevesese ta, eye miado ɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta. Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene. Aƒetɔ Yehowa awu mi, ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo. Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔe le nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, eye ame si aka atam le anyigba dzi la, akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be, eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo. “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi alo woava ame ƒe susu me o, gake mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu, elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu, eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo. Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam. Womagase avifafa kple konyifaɣli le eme azɔ o. “Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la maganɔ afi ma o. Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la abe ɖekakpui ene, eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui nɛ abe fiƒode ene. Woatu xɔwo anɔ wo me. Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse. Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me, alo woade agble ame bubu naɖu o, elabena abe ale si ati tsinae ene la, nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ. Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe. Womadze agbagba dzodzro, alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o, elabena woanye ame siwo Yehowa yra, woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa. Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee. Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene, ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu. Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu le nye to kɔkɔewo katã dzi o.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ISA/66-a009e0a67e8cb1594ac4a60589c962ce.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Afi ka xɔ si miatu nam la le? Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ. Menye nye asie wɔ esiawo katã, eye wova dzɔ oa?” Yehowae gblɔe. “Esiae nye ame si mebuna; ame si bɔbɔ eɖokui, da ahe le gbɔgbɔ me, eye ne ese nye nya la, wòdzona nyanyanya. Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la, sɔ kple ame si wu ame, eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu. Ame si sa nuɖuvɔ la, sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe, eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la, sɔ kple ame si subɔ legba. Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo, eye woƒe luʋɔ dzɔa dzi le woƒe ŋunyɔnuawo ŋu, eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu, eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi, elabena esi meyɔ wo la, ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la, ame aɖeke meɖo to o. Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume, eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.” Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise Yehowa ƒe nya. “Mia nɔviŋutsu siwo lé fu mi, eye woɖe mi ɖe aga le nye ŋkɔ ta la, gblɔ be, ‘Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa be miakpɔ miaƒe dzidzɔ’, gake ŋukpe alé wo. Se hoowɔwɔ ma si tso dua me kple ɣli si le ɖiɖim tso gbedoxɔ me la ɖa. Gbeɖiɖi la nye Yehowa ƒe gbe. Ele fetu si dze na eƒe futɔwo la xem na wo. “Edzi vi hafi lé ku. Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui. Ame kae se esia tɔgbi kpɔ? Ame kae kpɔ esiawo kpɔ? Ɖe woate ŋu adzi dukɔ aɖe le ŋkeke ɖeka me, alo woadzi anyigba aɖe zi ɖeka kpoyia? Ke Zion ya léa ku hedzia viawo zi ɖeka kpoyi. Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?” Wò Mawu lae gblɔe. “Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye mikpɔ dzidzɔ kplii, mi ame siwo katã lɔ̃e. Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii, mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta, elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ. Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la, ana miaƒe dziwo nadze eme.” Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ abe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene. Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me, eye àfe le eƒe atata. Abe ale si vi dada faa akɔe na via ene la, nenema mafa akɔ na mi, eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta.” Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ, eye miatsi abe gbe ene. Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo. Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo. Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me, elabena Yehowa atsɔ dzo kple eƒe yi ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo katã dzi. Ame geɖewoe nye ame siwo Yehowa awu. Yehowa be, “Ame siwo wɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe hekɔ wo ɖokuiwo ŋu nyuie be woayi ɖe abɔwo me, eye wokplɔ ame si le titina na halã, alegeli kple ŋunyɔnu bubuwo ɖulawo ɖo la, wo katã woatsrɔ̃ ɖekae. “Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. “Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome. Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene, eye matia wo dometɔ aɖewo be woanye nunɔlawo kple Leviviwo.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee. Tso Dzinu Yeye yi Dzinu Yeye, tso Dzudzɔgbe ɖeka yi Dzudzɔgbe bubu, amegbetɔwo katã ava ade ta agu ɖe nye ŋkume. Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/1-bb43a7d5f882af9430fd2e2af373e068.mp3?version_id=1613,"Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la. Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu. To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme. Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe. Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome. Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã. Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu. Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo. Medoa gbe ɖa na Mawu be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, be mava mia gbɔ mlɔeba. Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi, ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o. Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa. Eya ta medi vevie be magblɔ nyanyui la na mi ame siwo le Roma hã. Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.” Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me. Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ. Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o. Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene. Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen. Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me. Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo, ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo. Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/2-77d1002bb5e8931fd37d338296e688a2.mp3?version_id=1613,"Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke. Azɔ la, míenya be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo wɔa ale nu siawo la nye nyateƒe. Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua? Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa? Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu. Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana. Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi. Konyifafa kple fukpekpe ava nu vɔ̃ wɔlawo dzi: gbã la, ava Yudatɔwo dzi, emegbe la, ava ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dzi. Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si le nu nyui wɔm la, gbã na Yudatɔwo, emegbe la, na ame siwo menye Yudatɔwo o. Elabena Mawu medea vovototo amewo me o. Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe semanɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃ eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene. Elabena menye ame siwo sea se la woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa se la dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene. (Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo, togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.) Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene. Azɔ ne mieyɔ mia ɖokuiwo be Yudatɔwo, ne mieɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye mieƒoa adegbe be kadodo nyui le miawo kple Mawu dome, ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi; ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me, ame siwo fiaa nu bometsilawo, ame siwo fiaa nu ɖeviwo, elabena sidzedze kple nyateƒe la le se la me la, ekema wò, ame si le nu fiam ame bubuwo la, ɖe mefiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le mawunya gblɔm na amewo be womegafi fi o ɖe, ɖe nèfiaa fia? Wò, ame si gblɔna be womegawɔ ahasi o ɖe, ɖe nèwɔa ahasia? Wò, ame si tsi tsitre ɖe legbasubɔsubɔ ŋu ɖe, ɖe nèfia gbedoxɔmenuwoa? Wò, ame si ƒoa adegbe tso seawo ŋu ɖe, ɖe nèdoa vlo Mawu to se la dzi dada mea? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene la, ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖua fewu le Mawu ŋu ɖe mia ta. Asixɔxɔ le aʋatsotso ŋu ne miewɔ ɖe se la dzi, gake ne mieda le se la dzi la, ekema miele abe ame siwo wometso aʋa na o la ene. Ne ame siwo wometso aʋa na o la wɔna ɖe seawo dzi la, ɖe womabu wo abe ame siwo wotso aʋa na la ene oa? Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala. Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o. Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/3-3e47680f7a17359a6379fc6373778341.mp3?version_id=1613,"Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye me alo asixɔxɔ kae le aʋatsotso ŋu? Viɖe geɖe le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe nyawo de asi na wo. Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea? Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.” Gake ne míaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia nyuie ɖe, nya ka míagblɔ? Ɖe míagblɔ be Mawu mewɔ nu dzɔdzɔe to eƒe dɔmedzoehehe va mía dzi me oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.) Mele alea o! Ne ele nenema la, aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee? Ame aɖe agblɔ be, “Ne nye aʋatsokaka ado Mawu ƒe nyateƒetɔnyenye ɖe ŋgɔ, eye wòado Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe dzi ɖe, nu ka ta wogabu fɔm be menye nu vɔ̃ wɔla ɖo?” Nu ka ta womagblɔ be, abe ale si ame aɖewo ka aʋatso ɖe mía si ene be míegblɔ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ be nu nyui nado tso eme” o ɖo? Enyo be woabu fɔ wo! Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka pɛ hã meli o; Ame aɖeke mese egɔme o; ame aɖeke medi Mawu o. Ame sia ame tra mɔ; wo katã wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o; ame ɖeka pɛ hã meli o. Woƒe ve me le abe yɔdo nuvowo ene; woƒe aɖewo srɔ̃ alakpadada. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Woƒe nu me yɔ fũu kple fiƒode kple vevesese helĩhelĩ. Woɖea abla ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu; gbegblẽ kple nuxaxa le woƒe mɔwo dzi, eye womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.” Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o. Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã. Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃. Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti. Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o, elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo, eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me. Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o. Ewɔ esia tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le egbeŋkekewo me, be wòanye dzɔdzɔetɔ kple ame si tsoa afia na ame siwo xɔ Yesu dzi se la. Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me. Elabena míexɔe se be ame akpɔ afiatsotso to xɔse me, ke menye to se la dzi wɔwɔ me o. Ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawua? Ɖe Mawu menye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu oa? Ɛ̃, enye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu. Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me. Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/4-9d915129bcfe9db642ed5382c00c05b4.mp3?version_id=1613,"Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía tɔgbui Abraham, ame si ƒe ŋutinya míese le nya sia me la ŋuti? Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o. Nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee.” Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la, ekema eƒe fetu menye nunana o, ke boŋ enye eƒe dɔdeasi. Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee. David gblɔ nya sia ke esi wòƒo nu tso ame si Mawu bu ame dzɔdzɔe ƒe yayra ŋu dɔ wɔwɔ manɔmee be, “Woayra ame siwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo, kple ame siwo wotsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo dzi la. Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la mabu nɛ o la.” Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee. Nu ka ta wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee ɖo? Ɖe wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee le eƒe aʋatsotso megbe alo do ŋgɔ na eƒe aʋatsotsoa? Menye le eƒe aʋatsotso megbe o, ke boŋ do ŋgɔ na eƒe aʋatsotso! Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee. Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene. Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee. Elabena ne ame siwo le agbe le se la nu nye domenyilawo la, ekema xɔse menye viɖenu o, eye ŋugbedodo la nye yakanu, elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o. Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene. Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Abraham kpɔ mɔ le xɔse me, eye wòzu dukɔ geɖewo fofo, abe ale si wogblɔ nɛ ene be, “Nenema anye wò dzidzimeviwo.” Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o. Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu, eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la. Nu sia ta “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” ɖo. Gake menye eya ɖeɖe ta woŋlɔ ɖi be “wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee” o, ke míawo hã tae, mí ame siwo Mawu abui na dzɔdzɔenyenyee, mí ame siwo xɔa ame si fɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi sena. Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre ɖe afiatsotso na mí ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/5-f2a8eeae342a50ed4cfd847c2b92b1db.mp3?version_id=1613,"Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ. Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me. Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta. Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me! Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me. Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le Mawu me hã, to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me míewɔ ɖeka kple Mawu le azɔ. Eya ta ale si nu vɔ̃ va xexea me to ame ɖeka dzi, eye ku va to nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nenema ke ku va amewo katã dzi, elabena wo katã wɔ nu vɔ̃. Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o. Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu. Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi. Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me. Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi. Eya ta ale si to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke agbe ƒe afiatsotso va na amewo katã to nu dzɔdzɔe ɖeka wɔwɔ me. Elabena ale si to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me la, woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo. Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu, be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/6-201a185d9dba62949dc78aff14bae208.mp3?version_id=1613,"Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea? Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa? Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me. Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o. Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me. Azɔ ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe kplii hã. Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o. Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me. Eya ta migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro vɔ̃wo dzi o. Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene. Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te. Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe! Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã? Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la. Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo. Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye. Elabena esime mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã la, mienɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔkplɔ te o. Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me! Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ. Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/7-91d1df79f62434e44177412976517561.mp3?version_id=1613,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele nu ƒom na ame siwo nya se la; ɖe mienyae bena ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã? Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o. Eya ta ne srɔ̃nyɔnu la gale ŋutsu bubu gbɔ dem esime srɔ̃ŋutsu la le agbe la, ekema nyɔnu la nye ahasiwɔla; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, ekema srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, meganye ahasiwɔla o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu. Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku. Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o. Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.” Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku. Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku. Elabena mekpɔe dze sii be se si wode hena agbe la he ku vɛ boŋ. Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam. Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo. Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Ke boŋ nu vɔ̃ lae, bena wòadze ƒãa be etsɔ nu nyui wɔ ku nam, be to sedede la me la, nu vɔ̃ navɔ̃ɖi ɖe edzi ŋutɔ. Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna. Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo. Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae. Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna. Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm. Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam. Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me; gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la. O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me? Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/8-451083cdf6a050611421e844b3ef67d5.mp3?version_id=1613,"Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o, elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me. Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me, be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu. Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa. Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o. Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o. Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o. Ke ne Kristo le mia me la, miaƒe ŋutilã ku le nu vɔ̃ ta, gake Gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti. Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míenyi fe, gake menye ŋutilã si míenyi fe le, be míanɔ agbe le ŋutilã nu o. Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe. Elabena ame siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo. Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “ Abba, Fofo.” Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me. Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o. Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ, be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi. Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam. Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã? Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me. Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me. Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo ke wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me, be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. Eye ame siwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ame siwo wòyɔ la, woawo wòtso afia na, eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋuti wòkɔ. Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa? Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo. Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.” Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/9-a984ca7a30749fe0a142d9836fc9aef9.mp3?version_id=1613,"Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele alakpa dam o, eye nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi. Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe. Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen. Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o. Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.” Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe. Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.” Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu. Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ, wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la”; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.” Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe! Elabena egblɔ na Mose be, “Makpɔ nublanui na ame si makpɔ nublanui na la, eye nye dɔ me atrɔ ɖe ame si ŋu nye dɔ me atrɔ ɖo la.” Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Farao be, “Esia ta mefɔ wò ɖe tsitre, be maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le mewò, be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigbawo katã dzi.” Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la. Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?” Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?” Ɖe mɔɖeɖe meli be zemela natsɔ anyi ame ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe ame ze si ŋu bubu mele o la mahã? Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dome? Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me be, “Mayɔ ame siwo menye nye amewo o la be ‘nye amewo’; eye mayɔ ame siwo menye nye lɔlɔ̃tɔwo o la be ‘nye lɔlɔ̃tɔwo.’ Wogblɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu tsã be, “Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu gbagbe la ƒe viwo.” Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe. Elabena Aƒetɔ la atso nya me le anyigba la ŋuti, eye wòawu eƒe wɔnawo nu kaba le dzɔdzɔenyenye me.” Yesaya gagblɔ be: “Ne menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye susɔ dzidzime ʋɛ aɖewo ɖi o la, ne míetsrɔ̃ abe Sodom kple Gomora ene.” Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã. Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o. Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la. Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Zion. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi ase la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/10-c8f75fff8e772caa7fff2906ed5da395.mp3?version_id=1613,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe. Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o. Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. Se la ƒe nuwuwue nye Kristo, be ame sia ame si xɔ edzi se la nakpɔ dzɔdzɔenyenye. Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso se la me la ŋuti be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.” Ke dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la gblɔ be, “Mègagblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae ayi dziƒo mahã?’ ” (Esia fia be woatsɔ Kristo ava anyigba dzi) “alo ‘Ame kae ayi tsiẽƒe mahã?’ ” (Esia fia be woana Kristo nagatsi tsitre tso ame kukuwo dome). Ke nya ka wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie; ele wò nu me, eye wòle wò dzi me hã.” Esia nye xɔse si ŋu míele gbeƒã ɖem le la. Elabena ne ètsɔ wò nu ʋu eme be Yesue nye Aƒetɔ, eye nèxɔe se tso wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.” Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa, elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.” Azɔ aleke woayɔ ame si dzi womexɔ se o la mahã? Eye aleke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye aleke woawɔ ase nya tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?” Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana. Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee: “Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa, eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke. Megale biabiam ake be: Ɖe Israeltɔwo mese nya la gɔme oa? Mosee nye ame gbãtɔ gblɔ be, “Mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ si menye dukɔ o la ŋu; eye mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.” Ke Yesaya do dzi gblɔ bena, “Ame siwo medim o la kpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o la.” Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/11-de026dc2c4be0dea3a86ff63e987ece4.mp3?version_id=1613,"Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me. Mawu megbe eƒe ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la o. Mienya nya si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom la oa? Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.” Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!” Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋɛ aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o. Eya ta alea nya la lee nye esi: Israeltɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋɛ siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame susɔewo ƒe ŋkuwo gbã. Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.” David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo nazu mɔ aɖe wo alo woanye nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo. Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ, ale be womagate ŋu akpɔ nu o, eye agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.” Megale biabiam be: Ɖe Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Gbeɖe! Eƒe taɖodzinue nye be yeana ɖeɖekpɔkpɔ nasu ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si, bena Yudatɔwo naʋã ŋu wo. Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu. Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi be etsɔ dɔ vevie sia de asi nam ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo. Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexea me ƒe akpa bubuawo ŋu be woakpɔ ɖeɖe abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe. Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ. Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o. Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.” Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ. Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔ me, eye wògahea to na ame hãe. Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dɔ me ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔ se dzi. Ke ne míelɔ̃e o, eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi. Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, ame siwo nye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã, eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa? Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ. Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ava tso Zion, eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. Ɣe ma ɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe nye nubabla kpli wo ene.” Azɔ la, Yudatɔ geɖewo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia ɖe vi na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la ta. Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe. Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta, ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe. O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o! “Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae nya nu egbegbe be wòate ŋu azu eƒe adaŋudela alo mɔfiala?” “Ame kae tre nunana Mawu, be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?” Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/12-6ee292f48561332dc7579c5cc1eaaf46.mp3?version_id=1613,"Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la. Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu. Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia. Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ. Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie. Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe. Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃. Mide nu nyui dzi. Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo. Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo. Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo. Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta, eye nàyrae. Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la. Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o. Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me. Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene. Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la. Le hlɔ̃biabia teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta. Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/13-bed8c04bb9cdc599cc7042858dabd1af.mp3?version_id=1613,"Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò. Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la. Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi. Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo, eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu la. Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la. Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” Lɔlɔ̃ nana womedaa vo ɖe amehavi ŋu o. Eya ta lɔlɔ̃ na ame havie nye sedziwɔwɔ. Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã. Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu, eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo. Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o. Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/14-9a1db8300a0af24cf14385747ec76946.mp3?version_id=1613,"Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o. Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la. Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui. Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam. Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o. Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye. Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me. Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ” Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu. Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o. Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o. Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o. Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã. Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ. Eya ta mina ŋutifafa nanɔ hamea me, eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo. Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui, eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu. Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o. Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/15-a327429f118d22ffd905310ddd0868c9.mp3?version_id=1613,"Ehiã be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.” Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la. Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu. Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo. Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe ha la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu. Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia mí be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu. Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.” Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, ame siwo menye Yudatɔwo o la, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, ame siwo nye Yudatɔwo la.” Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “Mikafu Aƒetɔ la, mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, mina ame sia ame nakafui.” Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Yese ƒe ke, ame si atsi tsitre be yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la ava; eyae ame siwo menye Yudatɔwo o la akpɔ mɔ na.” Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me. Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo, eye mienya nu siawo nyuie, ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu. Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene, to amenuveve si Mawu nam la me, be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu. Eya ta meƒoa adegbe le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye le Mawu ta la ŋu. Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋu dɔ la ŋu o, ke menya esia be: Kristo to dzinye, eye wòhe ame siwo menye Yudatɔwo o la va Mawu gbɔe. Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke. Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la. Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi sia Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu, eye woase egɔme.” Nu sia ta nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o ɖo. Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ, eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo mia gbɔ vava dzrom la megbe. Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm. Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã, eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma la. Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom la. Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo. Ne metsɔ ga sia na wo, eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim. Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi. Ke mele nu xlɔ̃m mi nɔviwo, le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena miade dzinye, eye miaʋli le gbedodoɖa me na Mawu ɖe tanye. Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la. Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ, eye míade agbe yeye mía nɔewo me. Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã. Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ROM/16-888a1f300355c86231308365acc22ee2.mp3?version_id=1613,"Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hamea me la kafum na mi. Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye. Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo. Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu Kristotɔ le Asia. Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la nam. Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam. Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me. Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ Stakis nam. Mido gbe na Apeles, ame si li ke le Kristo me la hã. Mido gbe na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒe me la hã nam. Medo gbe na ƒonyemetɔ Herodion. Mido gbe na kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒe me. Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo. Mido gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la. Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene. Mido gbe na Asinkrito, Flego, Hermes, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le wo gbɔ la. Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo. Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Kristo ƒe hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã. Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o. Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu. Ke ame sia ame nya be miawo ya la, mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣe sia ɣi, eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me. Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi. Timoteo, nye hadɔwɔla kple Lukio, Yason kple Sosipatro, ame siwo nye ƒonyemetɔwo la do gbe na mi. Nye, Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene. Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye, eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe hã do gbe na mi. [ Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Amen.] Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. Ke azɔ la, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase, eye woaɖo to eya amea. Mawu, ame si ɖeka koe nye nunyala to Yesu Kristo dzi la tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/1-d069e589c747f2afe1fe474712e327c0.mp3?version_id=1613,"Le Fia Ahab ƒe ku megbe la, Moab dze aglã ɖe Israel ŋu. Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.” Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’ Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’ ” Ale Eliya yi. Esi ame dɔdɔawo trɔ va fia la gbɔ la, fia la bia wo be, “Nu ka ta mietrɔ gbɔ?” Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!” ’ ” Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?” Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.” Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!” Eɖo aʋakplɔla ɖeka kple asrafo blaatɔ̃ ɖa be woayi aɖalée vɛ. Wokpɔe wònɔ anyi ɖe togbɛ aɖe dzi. Aʋakplɔla la gblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la ɖe gbe be nàzɔ kpli mí ava ye gbɔ.” Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã. Ale fia la gaɖo aʋakplɔla bubu aɖe kple asrafo blaatɔ̃ bubu ɖa be woagblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la be nàva ye gbɔ fifi laa!” Eliya gblɔ na wo be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Ale Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia woawo hã. Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe. Kpɔ ɖa, dzo ge tso dziƒo hefia aʋakplɔla gbãtɔ eveawo kple woƒe amewo. Ke azɔ la, na nye agbe naxɔ asi le gbɔwò!” Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Eliya be, “Mègavɔ̃ o, Yi kpli wo.” Ale Eliya yi fia la gbɔ. Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!” Ale Ahazia ku abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to Eliya dzi la ene eye nɔvia Yehoram zu fia ɖe eteƒe elabena viŋutsu aɖeke menɔ esi aɖu fia ɖe eyome o. Nya sia dzɔ le Yuda fia Yehoram, Yehosafat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Woŋlɔ nu bubuwo tso Ahazia ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/2-3efe1d38c322cf5228e196fe3bd79ce5.mp3?version_id=1613,"Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal. Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel. Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.” Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.” Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko. Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?” Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!” Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.” Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi. Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu. Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi. Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?” Elisa ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku tsɔ wò gbɔgbɔ la ƒe teƒe eve nam.” Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.” Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo. Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee. Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to. Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la. Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe. Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.” Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o. Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?” Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.” Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema. Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ ” Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene. Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.” Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve. Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/3-b573577d2478ac8960814f669a9895bf.mp3?version_id=1613,"Ahab ƒe vi, Yehoram, dze eƒe fiaɖuɖu le Israel gɔme le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Eɖu fia ƒe wuieve le Samaria. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume ke menye abe fofoa kple dadaa ene o, elabena ewɔ nu nyui ɖeka: emu xɔ si fofoa tu na Baal la ƒu anyi. Ke egawɔ nu vɔ̃ si Yeroboam, Nebat ƒe vi wɔ elabena eya hã kplɔ Israelviwo de legbawo subɔsubɔ me. Moab fia, Mesa kple eƒe amewo nye alẽnyilawo. Woxea adzɔ na Israel kple alẽ akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu ƒe sia ƒe. Ke le Ahab ƒe ku megbe la, Moab fia dze aglã ɖe Israel ŋu. Ale Fia Yehoram dzo le Samaria yi ɖaƒo Israelʋakɔ nu ƒu. Eɖo du ɖe Yuda fia Yehosafat be, “Moab fia dze aglã ɖe ŋunye; àte ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ aʋa kpliia?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Makpe ɖe ŋuwò. Nye amewo kple nye sɔwo le asiwò me.” “Mɔ ka míato hafi adze wo dzi?” Yehoram ɖo eŋu be, “Míadze wo dzi tso Edom gbegbe.” Ale Israel, Yuda kple Edom fiawo kplɔ woƒe aʋakɔwo to mɔ gɔdɔ̃ aɖe to gbegbe la ŋkeke adre, ke tsi menɔ anyi na ameawo kple woƒe lãwo o. Israel fia do ɣli be, “Oo, nu ka míawɔ? Yehowa kplɔ mí va afi sia be yeana Moab fia naɖu mía dzi!” Ke Yuda fia, Yehosafat biae be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele mía dome oa? Ne eli la, ekema míate ŋu ana wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.” Israel fiaŋumewo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Elisa, Safat ƒe viŋutsu le afi sia, Eliya ƒe kpeɖeŋutɔe wònye!” Yehosafat gblɔ be, “Ahã, eyae nye ame si tututu dim míele; Yehowa ƒe nya le esi.” Ale Israel kple Yuda kple Edom ƒe fiawo yi ɖabia gbe Elisa. Ke Elisa gblɔ na Israel fia Yehoram be, “Nyemedi wò nya aɖeke be mase o; yi fofowò kple dawò ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ!” Fia Yehoram ɖo eŋu be, “Ao, elabena Yehowae yɔ mí va afi sia be Moab fia natsrɔ̃ mí!” Elisa gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nenye ɖe nyemede bubu Yuda fia Yehosafat ƒe afi sia nɔnɔ ŋu o la, anye ne nyemanye kɔ akpɔ wò gɔ̃ hã o. Ke azɔ la, mikplɔ kasaŋkuƒola aɖe vɛ nam.” Esi kasaŋkuƒola la nɔ kasaŋkua ƒom la, Yehowa ƒe ŋusẽ va Elisa dzi eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miɖe ʋewo ɖe bali sia me’, elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Miakpɔ yaƒoƒo loo alo tsidzadza o, gake tsi ayɔ bali sia me si wò kple wò nyiwo kple wò lãha bubuawo miano.’ Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò. Miagbã du sesẽ ɖe sia ɖe kple du gã ɖe sia ɖe aƒu anyi. Nenema ke mialã ati nyui ɖe sia ɖe aƒu anyi, miatɔ te tɔsisi ɖe sia ɖe ƒe sisi eye miatsɔ kpewo agblẽ agbledenyigba nyuiwo katã.” Esi ŋu ke, le ŋdivɔsaɣi la, tsie nye ekem le dodom bababa tso Edom lɔƒo! Tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi. Azɔ la Moabtɔwo katã se be fiawo va aʋa wɔ ge kple yewo eya ta woyɔ ŋutsu ɖe sia ɖe, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa, ame sia ame si ate ŋu awɔ aʋa ko eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe woƒe liƒo dzi. Esi wofɔ ŋdi kanya la, ɣe nɔ keklẽm ɖe tsia dzi eye hena Moabtɔ siwo nɔ tɔa godo la, wokpɔ tsi la wòbiã dzẽ abe ʋu ene. Tete wogblɔ be, “Ʋue nye ekem! Fia mawo anya wɔ aʋa, wu wo nɔewo. Azɔ la Moab, miva miaɖaha woƒe nuwo!” Ke esi woɖo Israelviwo ƒe asaɖa me la, Israelviwo ƒe aʋawɔlawo lũ ɖe wo dzi eye wode asi Moabtɔwo wuwu me, ale Moabtɔwo si. Israelviwo ge ɖe Moabnyigba dzi eye woyi wo wuwu dzi le afi ma. Wogbã duwo, lɔ kpe kɔ ɖe anyigba nyui ɖe sia ɖe dzi, xe tsidzɔƒewo eye wolã kutsetsetiwo ƒu anyi. Mlɔeba la, Kir Hareset mɔ koe susɔ, ke akafodalawo ɖe to ɖe eya hã eye woxɔe. Esi Moab fia kpɔ be woɖu ye dzi la, ekplɔ yidala alafa adre be yewoadze agbagba mamlɛtɔ ayi aɖalé Edom fia. Ke esia hã medze edzi o. Azɔ la Moab fia lé Via ŋutsu tsitsitɔ si aɖu fia ɖe eteƒe la, wui eye wòtsɔe sa numevɔe ɖe gli la dzi. Nuwɔna sia na Moabtɔwo ƒe mo nyra ɖe Israelviwo ŋuti, ale Israel ƒe aʋawɔlawo trɔ dzo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/4-c0ed46ef5e0e82ca589371c8810518f4.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.” Elisa biae be, “Nu ka mawɔ akpe ɖe ŋutiwò? Nuɖuɖu ƒe agbɔsɔsɔ kae le asiwò le wò aƒe me?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nuɖuɖu aɖeke mele asinye wu ami atukpa ɖeka o.” Elisa gblɔ na nyɔnu la be, “Enyo, yi nàɣe ze kple gagba aɖewo tso xɔ̃wòwo kple wò aƒelikawo gbɔ. Mi kple viwòwo miyi miaƒe xɔ me, eye miatu ʋɔa. Esia megbe la, trɔ ami si le wò atukpa la me la ɖe zeawo kple gagbaawo me. Tsɔ ɖe sia ɖe si yɔ la da ɖe axadzi!” Nyɔnu la wɔ nu si nyagblɔɖila la ɖo nɛ. Via ŋutsuwo tsɔ ze kple gagbawo siwo woɣe la vɛ nɛ eye wòtrɔ ami la ɖe wo me. Sẽe ko la, zeawo kple gagbaawo katã yɔ banabana! Nyɔnu la gblɔ na via ŋutsuawo be, “Migatsɔ ze bubu vɛ.” Woɖo eŋu nɛ be, “Ze aɖeke megali o!” Ale ami la dzudzɔ dodo le atukpa la me. Nyɔnu la yi ɖagblɔ nya la na Mawu ƒe Ame la eye wòɖo eŋu nɛ be, “Yi nàdzra ami la eye nàxe fe siwo nènyi. Ga si atsi anyi la, agasusɔ na wò kple viwòwo dzi kpɔkpɔ!” Gbe ɖeka la, Elisa yi Sunem eye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe nɔ afi ma ame si ƒoe ɖe enu be wòatsi ye gbɔ aɖu nu. Ale ne egava to mɔ ma yina la, etɔna ɖe afi ma be yeaɖu nu. Nyɔnu la gblɔ na srɔ̃a be, “Menya be ŋutsu sia, si va toa míaƒe mɔ dzi le afi sia edziedzi la nye Mawu ƒe ame kɔkɔe. Na míawɔ xɔ sue aɖe ɖe míaƒe xɔtame nɛ eye míatsɔ aba, kplɔ̃ kple zikpui kple akaɖi ada ɖe eme nɛ. Ekema ava tsi afi ma ɣe sia ɣi si wòava adze mía gbɔ.” Gbe ɖeka esi Elisa gava la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe xɔ me. Egblɔ na eƒe subɔla, Gehazi be, “Yɔ Sunami nyɔnu la nam.” Gehazi yi ɖayɔe eye wòva tsi tsitre ɖe Elisa ŋkume. Elisa gblɔ na Gehazi be, “Gblɔ na nyɔnu la be ‘Èkpe fu siawo katã ɖe mía ta. Azɔ la, nu kae woawɔ na wò? Míƒo nu ɖe nuwò le fia la ŋkume loo alo aʋafia la ŋkumea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Aƒe le asinye le nye ŋutɔ nye amewo dome.” Elisa bia Gehazi emegbe be, “Nu ka míawɔ nɛ?” Gehazi ɖo eŋu be, “Viŋutsu mele esi o, evɔ srɔ̃a nye amegãɖeɖi!” Elisa gblɔ be, “Yɔe ɖa.” Eyi ɖayɔe eye nyɔnu la va tsi tsitre ɖe xɔa ƒe mɔnu. Elisa gblɔ nɛ be, “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi tututu la, àlé viŋutsuvi ɖe wò abɔwo me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, mègable wò dɔla o, O Mawu ƒe ame.” Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene. Ɖevi la tsi eye gbe ɖeka la, edo go yi fofoa gbɔ, ame si nɔ nukuxalawo gbɔ. Ɖevi la gblɔ na fofoa be, “Nye ta! Nye ta!” Fofoa gblɔ na dɔla ɖeka be, “Kɔe yi na dadaa.” Esi dɔla la kɔe yi na dadaa la, ɖevi la nɔ akɔ nɛ va se ɖe ŋdɔ me eye ɖevi la ku. Nyɔnu la yi dziƒoxɔ la dzi hetsɔ ɖevi kuku la mlɔ Mawu ƒe ame la ƒe aba dzi, tu ʋɔa eye wòdo go. Eyɔ srɔ̃a eye wògblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku, yi nàɖo wò dɔlawo dometɔ ɖeka kple tedzi ɖem ale be mate ŋu ayi Mawu ƒe ame la gbɔ kaba, atrɔ agbɔ.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nàyi egbɔ egbe? Egbe menye Dzinu Yeye alo Dzudzɔgbe ŋkeke o.” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Anyo ne mayi.” Ebla akpa na tedzi la eye wògblɔ na eƒe dɔla la be, “Doe sesĩe, mègadoe ɖɔɖɔɖɔ nam o, negbe megblɔe na wo hafi.” Ale wodze mɔ heva Mawu ƒe ame la gbɔ le Karmel to dzi. Esi Mawu ƒe ame la kpɔe ɖaa le adzɔge la, egblɔ na eƒe dɔla Gehazi be, “Kpɔ ɖa, Sunami nyɔnu lae nye ekem. Ƒu du nàyi ɖakpee, nàbiae be, ‘Mi katã miedɔ nyuiea? Srɔ̃wò fɔ sesĩea? Viwò la fɔ nyuiea?’ ” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nu sia nu le nyuie.” Esi wòɖo Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, edze klo lé eƒe afɔ. Gehazi va be yeatutui ɖa gake Mawu ƒe ame la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu! Ele xaxa gã aɖe me gake Yehowa ɣlae ɖem eye megblɔ nu si tae la nam o.” Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, ɖe mebia viŋutsu wòa? Nyemegblɔ na wò be, ‘Mègaflum o’ mahã.” Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.” Vinɔ la gblɔ be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemayi aƒe me o negbe ɖeko nàyi kplim hafi!” Ale Elisa tso hedze nyɔnu la yome. Gehazi do ŋgɔ na wo ɖatsɔ atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo, ke nya aɖeke medzɔ o. Agbe ƒe dzesi aɖeke menɔ ɖevi la me o. Ale Gehazi trɔ ɖatu Elisa eye wògblɔ nɛ be, “Ɖevi la menyɔ o.” Esi Elisa ɖo aƒea me la, ɖevi kuku lae nye ekem wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi. Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Esia megbe la, ede abati la dzi mlɔ ɖevi kuku la dzi, tsɔ eƒe nu ɖo ɖevi la ƒe nu dzi, eƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo dzi eye wòdrã ɖe ɖevi la dzi, kasia ɖevi la ƒe lãme de asi dzoxɔxɔ me! Elisa fɔ tso abati la dzi eye wòɖi tsa sẽe le xɔa me. Egatrɔ de abati la dzi eye wògadrã ɖe ɖevi la dzi. Azɔ la, ɖevi la nye zi adre eye wòʋu eƒe ŋkuwo! Elisa yɔ Gehazi eye wògblɔ nɛ be, “Yɔ Sunami nyɔnu la vɛ.” Eyi ɖayɔe. Esi nyɔnu la va la, egblɔ nɛ be, “Xɔ viwò ŋutsuvi la.” Nyɔnu la va, dze klo ɖe eƒe afɔ nu eye wòde ta agu nɛ. Tete wòxɔ ɖevi la eye wòdo go. Elisa trɔ azɔ yi Gilgal, afi si dɔwuame gã aɖe nɔ. Gbe ɖeka esi wònɔ nu fiam nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na Gehazi be wòawɔ atadi na nusrɔ̃lawo ƒe fiẽnuɖuɖu. Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yi gbe me be yeadi amagbe aɖe vɛ. Egbɔ kple amagbe aɖewo siwo treklɔnuwo le wo ŋu, tsɔ wo ɖo dzo dzi, ke menya be aɖi le wo me o. Esi ameawo de asi nua ɖuɖu me ko la, wodo ɣli be, “Oo, Mawu ƒe ame, aɖi le nuɖuɖu la me!” Elisa na woku blimɔ aɖe vɛ nɛ. Etsɔe da ɖe ze la me eye wògblɔ na wo be, “Enyo azɔ; aɖi la vɔ le eme, miyi eɖuɖu dzi.” Woɖui eye naneke mewɔ wo o. Gbe ɖeka la, ame aɖe si tso Baal Salisa la va na bli mumu kotoku ɖeka kple abolo blaeve siwo wowɔ kple lu yeye tso eƒe nuŋeŋe gbãtɔ me Mawu ƒe ame la. Elisa gblɔ na Gehazi be wòatsɔ wo ana nusrɔ̃lawo woaɖu. Gehazi bia be, “Nuɖuɖu sue sia ade na ame alafa ɖeka siawoa?” Ke Elisa gblɔ be, “Tsɔe na wo ko elabena Yehowa gblɔ be nuɖuɖu la asu ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã agatsi anyi!” Nuɖuɖua su ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã gatsi anyi abe ale si Yehowa gblɔ ene!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/5-37dac4113510ca67819897060fb46703.mp3?version_id=1613,"Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém. Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla. Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.” Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la nɛ. Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo. Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye: “Mele agbalẽ sia ɖom ɖe wò to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.” Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!” Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.” Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu. Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.” Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, “Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ dɔ nye anyidɔ la hafi. Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku. Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ” Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene. Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.” Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o. Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko. Ke Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ɖeka ko ta be ne nye aƒetɔ yi Rimon ƒe gbedoxɔ me be wòade ta agu eye wòziɔ ɖe nye abɔ ŋuti eye nye hã mede ta agu, le Rimon ƒe gbedoxɔa me la, Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ta.” Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de. Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.” Ale Gehazi ɖe abla kplɔ Naaman ɖo. Esi Naaman kpɔe wònɔ du dzi gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam me be yeado goe. Ebia be, “Nu sia nu le nyuiea?” Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’ ” Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe. Ke esi wogogo to si dzi Elisa nɔ la, Gehazi xɔ nuawo le subɔla eveawo si eye wòna wotrɔ dzo. Etsɔ ga la ɣla ɖe eƒe aƒe me. Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.” Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa? Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/6-5c1da210f0f4eb10fdef0becf2b78b62.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gblɔ na Elisa be, “Kpɔ ɖa, teƒe si míewɔa takpekpe kpli wò le la le sue na mí akpa. Na míayi Yɔdan tɔsisi la to, ale be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso ati eye míatsɔe atso teƒe aɖe si míanɔ.” Elisa gblɔ na wo be, “Miyi! Enyo, miate ŋu atu xɔ la faa.” Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míeɖe kuku kplɔ mí yi teƒea.” Elisa lɔ̃ hegblɔ be, “Mayi!” Ke eyi kpli wo. Woɖo Yɔdan tɔsisi la to eye wode asi atiawo tsotso me. Esi nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ati aɖe tsom la, eƒe fia do le fiati la me eye wòge ɖe tɔsisi la me. Nusrɔ̃la la do ɣli enumake be, “Oo, nye aƒetɔ, ɖe meɣe fia la hafi!” Nyagblɔɖila la biae be, “Afi ka fia la ge ɖo?” Nusrɔ̃la la fia teƒe lae. Elisa lã ati aɖe da ɖe teƒea le tsia me eye fia la ho ɖe tsi la ŋgɔ enumake! Elisa gblɔ nɛ be wòalée eye wòlée. Gbe ɖeka esime Siria nɔ aʋa wɔm kple Israel la, Siria fia gblɔ na eƒe aʋakplɔlawo be, “Míaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe.” Eyɔ teƒe la ŋkɔ na wo. Elisa gblɔ na Israel fia enumake be, “Mègate ɖe teƒe sia ŋu o, elabena Siriatɔwo ɖo be yewoaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma!” Ale Israel fia la dɔ amewo ɖa be woayi aɖakpɔ teƒe si Mawu ƒe ame la fia. Elisa xlɔ̃ nu Israel fia enuenu tso nu siawo ƒomevi ŋuti ale wònɔa ŋudzɔ ɖe teƒe mawo ŋuti. Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?” Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia bubutɔ, menye míawoe o, Elisa, nyagblɔɖila la gblɔa nya si nègblɔ le bebeme le wò xɔ gã me la na Israel fia la!” Fia la ɖe gbe be, “Miyi miakpɔ afi si wòle ekema míaɖo asrafowo ɖa woayi aɖalée.” Woyi gbɔ va gblɔ na fia la be, “Elisa le Dotan!” Ale le zã aɖe me la, Siria fia ɖo aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖamwo kple sɔ geɖewo ɖa be woaɖe to ɖe du la. Esi nyagblɔɖila la ƒe subɔla fɔ ŋdi kanya eye wòdo ɖe xexe ko la, ekpɔ aʋawɔlawo, tasiaɖamwo kple sɔwo le afi sia afi. Edo ɣli bia Elisa be, “Aléle! Nye aƒetɔ, nu ka míawɔ fifia?” Elisa gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o! Elabena míaƒe aʋakɔ sɔ gbɔ, eye wòtri akɔ wu wo tɔ!” Tete Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu nye subɔla ƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu!” Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo eye wòte ŋu kpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le afi sia afi, le toa dzi. Esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la lũ ɖe wo dzi la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ.” Eye wòva eme nenema. Elisa yi ɖagblɔ na wo be, “Menye du si me yim miele hafi lae nye esia o. Du bubu mee mieva ɖo! Midze yonyeme eye makplɔ mi ayi ame si dim miele la gbɔ.” Ale Elisa kplɔ Siriatɔwo ƒe aʋakɔ blibo la yi Samaria! Esi woɖo Samaria la, Elisa do gbe ɖa be, “Yehowa, ʋu woƒe ŋkuwo azɔ ale be woakpɔ nu.” Yehowa wɔ nu si Elisa bia eye Siria ƒe aʋawɔlawo dze sii be yewole Samaria, le Israel ƒe fiadu la me! Esi Israel fia kpɔ wo la, edo ɣli bia Elisa be, “Fofonye, ɖe mawu woa? Mawu woa?” Elisa ɖo eŋu be, “Kura o! Ɖe míewua ame siwo míelé le aʋa mea? Na nuɖuɖu kple nunono wo eye nàtrɔ wo ɖo ɖe wo de le woƒe amegã gbɔ.” Ale Israel fia la ɖo kplɔ̃ gã aɖe na Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la eye esi woɖu nu, no nu vɔ la, eɖo wo ɖe aƒe eye wotrɔ yi ɖe woƒe amegã gbɔ. Tso gbe ma gbe dzi la, Siria ƒe adzohawo megadoa ta ɖe Israelnyigba dzi o. Ke emegbe la, Siria fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòɖe to ɖe Samaria. Nu sia na dɔ to le Samaria du la me. Esi dɔwuame sia nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe ta la, tedzi ƒe ta xɔ klosaloga blaenyi eye sabala kpo ɖeka gɔ̃ hã xɔ klosaloga atɔ̃. Gbe ɖeka esime Israel fia nɔ tsa ɖim to dua ƒe gli dzi la, nyɔnu aɖe yɔe, gblɔ nɛ be, “Kpe ɖe ŋunye, nye aƒetɔ kple nye fia!” Fia la gblɔ nɛ be, “Ne Yehowa mekpe ɖe ŋuwò o ɖe, nu ka nye, amegbetɔ mate ŋu awɔ? Nuɖuɖu alo wain mele asinye mana wò o. Gbã la, nya kae dzɔ?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nyɔnu sia gblɔ nam be míaɖa vinye ŋutsuvi aɖu eye le ŋkeke bubu dzi la, míaɖa ye hã ƒe viŋutsuvi aɖu. Ale míeɖa vinye ɖu, ke esi ŋu ke megblɔ nɛ be ‘Wò hã, wu viwò míaɖa ɖu egbe’ la, etsɔ via ɣla!” Esi fia la se nya sia la, edze eƒe awuwo. Amewo de dzesii to afi si eƒe awuwo dze le la be edo akpanyawu ɖe awu si wòdze la te. Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.” Elisa nɔ takpekpe me kple Israel ƒe ametsitsiwo le eƒe aƒe me. Fia la ɖo ame ɖa be woakplɔe vɛ. Ke hafi ame dɔdɔ la nava ɖo la, Elisa gblɔ na ametsitsiawo be, “Amewula sia ɖo ame aɖe ɖa be wòawum. Ne ame dɔdɔ la va ɖo la, mitu ʋɔa ɖe enu wòatsi ʋɔa godo elabena eƒe aƒetɔ akplɔe ɖo enumake.” Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/7-e93256eb4ee17d5c1ae993c866f091a9.mp3?version_id=1613,"Elisa gblɔ be, “Mise Yehowa ƒe gbe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.’ ” Ke dumegã si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ne Yehowa aʋu dziƒo ƒe agbowo gɔ̃ hã la, ɖe nu sia ate ŋu ava mea?” Ke Elisa gblɔ nɛ be, “Àkpɔe wòava eme nenema pɛpɛpɛ, ke màɖu ɖeke o.” Anyidzela ene aɖewo nɔ anyi ɖe dua ƒe agbowo godo. Wobia wo nɔewo be, “Nu ka ta míanɔ anyi ɖe afi sia va se ɖe esime míaku? Ne míegblɔ be, ‘Míayi dua me’ la, dɔwuame le afi ma ana míaku, ke ne míetsi afi sia hã la, míaku eya ta mina míayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me eye míatsɔ mía ɖokuiwo ade asi na wo. Ne wokpɔ nublanui na mí la, míanɔ agbe, ke ne wowu mí la, ɖe míekue nye ema.” Esi fiẽ ɖo la, wotsi tsitre heyi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Esi woɖo asaɖa la ƒe gbɔto la, womekpɔ ame aɖeke le afi ma o elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!” Ale wotsi tsitre hesi, esi anyigba de asi tsyɔtsyɔ̃ me eye wogblẽ woƒe agbadɔwo kple sɔwo kple tedziwo ɖi. Ale wogblẽ asaɖa la ɖi nenema eye wosi dzo be woaɖe yewoƒe agbe. Anyidzelawo ɖo asaɖa la ƒe mɔnu eye woge ɖe agbadɔwo dometɔ ɖeka me. Woɖu nu, no nu, lɔ klosalo, sika kple awuwo eye woyi ɖaɣla wo. Wotrɔ gbɔ hege ɖe agbadɔ bubu me, fɔ nanewo hã le afi ma eye woyi ɖaɣla woawo hã. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Menye nu nyuitɔe nye esi wɔm míele o. Egbee nye nya nyui segbe eye míawo ɖeɖe gbɔ ko wòtsi. Ne míelala va se ɖe esime ŋu ke la, tohehe ava mía dzi eya ta mina míayi zi ɖeka aɖaka nya sia ta na fiasãmetɔwo.” Ale wotrɔ yi dua me ɖagblɔ nya si dzɔ la na agbonudzɔlawo be, “Míede Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ƒe asaɖa me, eye ame aɖeke menɔ afi ma o! Wode ka woƒe sɔwo kple tedziwo, nu sia nu nɔ eteƒe le asaɖa la me gake ame aɖeke kura menɔ asaɖa la me o.” Ale agbonudzɔlawo do ɣli gblɔ nya la na ame siwo nɔ fiasã la me. Fia la fɔ eye wògblɔ na aʋakplɔlawo be, “Menya nu si dzɔ, Siriatɔwo nya be dɔ to le míaƒe anyigba dzi, ale wodzo le woƒe asaɖa la me ɖabe ɖe gbedzi be yewoable mí míado le dua me, ekema yewoadze mía dzi, aɖe aboyo mí eye yewoage ɖe dua me.” Aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Anyo be míaɖo ŋkutsalawo ɖa woayi aɖakpɔ afi ma ɖa. Mina woatsɔ sɔ siwo susɔ ɖe dua me la dometɔ atɔ̃, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; esia ta na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.” Wodi tasiaɖamŋusɔ ene eye fia la ɖo tasiaɖamŋusɔdola eve ɖa be woakpɔ afi si Siriatɔwo yi. Wodze awu kple nu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe ɖi le esime wonɔ sisim la yome va se ɖe esime wova ɖo Yɔdan tɔsisi la nu. Ale ame eve siawo trɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na fia la. Tete ameawo do go le Samaria dua me yi ɖaha nuwo le Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Ale wɔ gram wuieve xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene xɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Yehowa ƒe nya nu. Fia la tɔ asi dumegã si ƒe abɔ ŋu wòziɔ ɖo la dzi be wòakpɔ amewo ƒe gododo kple emevava dzi le agboa nu. Ke wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi wòku esime ameawo nɔ dodom gidigidi tso dua me. Nu sia tututue Elisa gblɔ da ɖi le ŋkeke si do ŋgɔ na gbe ma gbe la dzi, esime fia la va be yealée. Ale wòva va eme abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔe na fia la ene be, “Etsɔ ɣe aleawo ɣi la, wɔ gram wuieve axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye lu gram blaeve-vɔ-ene axɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene le Samaria ƒe agbo nu.” Fiaŋume la gblɔ be, “Ne Yehowa ŋɔ do ɖe dziƒo ŋu gɔ̃ hã la, nu sia mate ŋu ava eme o!” Eye nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Àkpɔe, wòava eme nenema, ke màɖu ɖeke o.” Nyateƒe, mete ŋu ɖu ɖeke o elabena wolɔe ƒu anyi, zɔ edzi, wòku le agboa nu!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/8-82936dc0aa62d1d3b38c2d5d7b331177.mp3?version_id=1613,"Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.” Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre. Esi dɔwuame la nu tso la, nyɔnu la gatrɔ va Israelnyigba dzi eye wòva kpɔ fia la be wòagbugbɔ yeƒe aƒe kple anyigba na ye. Fia la nɔ nu ƒom kple Gehazi, Elisa ƒe subɔla, esime nyɔnu la do ɖe fia la ŋkume. Fia la nɔ gbɔgblɔm na Gehazi be, “Gblɔ nya aɖewo nam tso nu gã siwo Elisa wɔ la ŋu.” Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume! Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!” Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu. Le esia megbe la, Elisa yi Damasko, Siria ƒe fiadu me esime Siria fia, Ben Hadad nɔ dɔ lém le afi ma. Ame aɖe gblɔ na fia la be nyagblɔɖila la va. Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ” Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!” Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me. Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?” Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!” Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!” Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.” Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.” Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe. Fia Yoram, Yuda fia Yehosafat ƒe vi dze eƒe fiaɖuɖu gɔme le Israel fia, Yehoram, Fia Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me. Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o. Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe. Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu. Woŋlɔ Fia Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Eku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me. Ke Ahazia si nye Via ŋutsuvi ɖu fia ɖe eteƒe. Yoram ƒe vi, Ahazia zu fia yeye la le Israel fia Yehoram, Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me. Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe ale si Fia Ahab ƒe dzidzimeviwo katã nɔ ene elabena edo ƒome kple Fia Ahab to srɔ̃ɖeɖe me. Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/9-e79e8852f6c353bb99b3a5bd36d92f65.mp3?version_id=1613,"Nyagblɔɖila Elisa yɔ nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Tsɔ alidziblaka bla wò awu ʋlaya dzi, tsɔ amigoe sia ɖe asi eye nàyi Ramot Gilead. Ne èɖo afi ma la, di Yehu, Yehosafat ƒe vi, Nimsi ƒe vi, yi ɖe egbɔ nàkplɔe dzoe le nɔviawo dome eye nàkplɔe age ɖe xɔ gã mee. Ekema tsɔ amigoe la eye nàkɔ ami la ɖe eƒe tame agblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mesi ami na wò, ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.’ Ekema nàʋu ʋɔa eye nàlé du atsɔ, mègatɔ o!” Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la la wɔ nu si wògblɔ nɛ. Esi wòva ɖo Ramot Gilead la, ekpɔ Yehu wònɔ anyi ɖe ehati asrafomegãwo dome. Egblɔ nɛ be, “Nya aɖe le asinye na wò.” Yehu biae be, “Na mía dometɔ ka?” Nusrɔ̃la la ɖo eŋu be, “Na wò, Yehu.” Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu. Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo eye nàbia nye nyagblɔɖilawo kple ame siwo Yezebel wu la ƒe hlɔ̃. Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’ Matsrɔ̃ Ahab ƒe ƒome la abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam, Nebat ƒe vi kple Baasa, Ahiya ƒe vi ƒe ƒomewo ene. Avuwo aɖu Ahab srɔ̃, Yezebel le Yezreel eye ame aɖeke maɖii o!” Esia megbe la, nusrɔ̃la la ʋu ʋɔa eye wòsi dzo. Yehu trɔ yi xɔlɔ̃awo gbɔ eye wo dometɔ ɖeka biae be, “Nu ka dim aɖaʋatɔ ma le? Nya kae dzɔ?” Yehu ɖo eŋu be, “Mienya ame si wònye kple nu si dim wòle la nyuie.” Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.” “Egblɔ nya si nusrɔ̃la la gblɔ nɛ la na wo eye wòna wonya be woɖo ye fiae ɖe Israel nu!” Enumake wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe atrakpuiawo dzi, woku kpẽ eye wodo ɣli be, “Yehu zu fia!” Aleae Yehu, Yehosafat ƒe vi kple Nimsi ƒe tɔgbuiyɔvi dze aglãe ɖe fia Yoram ŋu. (Ke Yoram kple Israel blibo la nɔ ŋudzɔ na Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.” Yehu ge ɖe tasiaɖam me enumake eye eya ŋutɔ yi Yezreel be yeaɖadi Fia Yoram, ame si xɔ abi eye wòmlɔ afi ma. Yuda fia Ahazia hã va afi ma be yeakpɔ Fia Yoram ɖa. Dzɔla si nɔ Fia Yehoram ƒe gbetakpɔxɔ dzi la kpɔ Yehu kple eƒe amewo gbɔna ɖa eye wòdo ɣli be, “Ame aɖe gbɔna!” Fia Yehoram ɖe gbe be, “Dɔ sɔdola aɖe ɖa wòakpɔe ɖa be xɔlɔ̃e loo alo futɔe hã.” Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?” Yehu ɖo eŋu be, “Nu ka nènya tso ŋutifafa ŋu? Dze yonyeme.” Dzɔla la do ɣli gblɔ na fia la be ame dɔdɔ la yi ɖakpee gake mele gbɔgbɔm o. Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’ ” Yehu ɖo eŋu be, “Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Va, dze yonyeme!” Dzɔla la gado ɣli be, “Eya hã mele gbɔgbɔm o! Yehu kokoko wòanye elabena eƒe tasiaɖam le du ƒum sesĩe.” Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me. Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?” Yehu ɖo eŋu be, “Zi ale si dawò Yezebel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple adzewɔwɔ gale mía dome kokoko la, aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi?” Fia Yoram trɔ eƒe tasiaɖam la kaba eye wòsi dzo yina. Edo ɣli gblɔ na Fia Ahazia be, “Ahazia, nugbeɖoɖoe!” Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku. Yehu gblɔ na Bidkar, ame si nye eƒe tasiaɖamkula gã be, “Kɔe eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabɔt ƒe agble me. Ɖo ŋku ale si nye kpli wò míenɔ tasiaɖamwo me nɔ fofoa Ahab megbe esi Yehowa ƒe nyagblɔɖi sia va ku ɖe eŋuti be, ‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.” Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo. Eƒe dɔlawo kɔe de tasiaɖam me yi Yerusalem eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe eƒe yɔdo me le David ƒe du la me. Ahazia ƒe fiaɖuɖu ɖe Yuda dzi dze egɔme le Ahab ƒe vi Yoram ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Esi Yezebel se be Yehu va Yezreel la, ede ama eƒe aɖaba, dzra eƒe taɖa ɖo nyuie eye wòtsi tsitre ɖe fiasã la ƒe fesre ɖeka to hele mɔtata la dzi kpɔm. Esi Yehu ge ɖe fiasã la me la, Yezebel do ɣli ɖe eta gblɔ be, “Wò, Zimri, wò amewula, nu ka dim nèle le afi sia?” Yehu fɔ kɔ dzi, kpɔ Yezebel le fesre la nu eye wòdo ɣli bia be, “Ame kawoe le dzinye?” Ŋutsu tata eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre la nu kpɔe ɖo ɖa. Yehu gblɔ na wo be, “Midae ɖo ɖe anyigba!” Ale woda Yezebel to fesre la to wòge va dze anyigba. Eƒe ʋu hlẽ ɖe gli la kple sɔwo ŋu, Yehu do eƒe tasiaɖam kple sɔwo, zɔ eƒe ŋutilã kukua dzi. Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.” Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ. Esi wotrɔ gbɔ va gblɔ nu siwo wokpɔ na Yehu la, egblɔ be, “Nu si tututu Yehowa gblɔ lae va eme! Egblɔ na Nyagblɔɖila Eliya be avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel eye eƒe ŋutilã akaka ɖe anyigba abe ale si wokakaa aɖu ɖe agble me ene, ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Yezebel ƒe ŋutilãe nye esia o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/10-4060870fe810ca1d764df011889c1507.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, viŋutsu blaadre nɔ Ahab ƒe aƒe me le Samaria. Ale Yehu ŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Samaria na dumegã siwo nɔ Yezreel kple dumemetsitsiwo kple Ahab ƒe viwo dzikpɔlawo. Eŋlɔ ɖe wo me be, “Ne agbalẽ sia ka mia si ko la, zi ale si miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo le mia gbɔ eye tasiaɖamwo kple sɔwo kple du si woɖo gli ƒo xlãe kple aʋawɔnuwo le mia si la, mitia miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo dometɔ nyuitɔ kple esi dzi mieka ɖo wu la miatsɔe aɖo fofoa ƒe fiazikpui dzi. Ekema miaʋli miaƒe aƒetɔ ƒe aƒe ta.” Ke vɔvɔ̃ ɖo ameawo akpa na nu sia wɔwɔ eye wogblɔ be, “Fia eve mete ŋu nɔ te ɖe Yehu nu o, nu ka míawo míate ŋu awɔ?” Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.” Yehu ɖo eŋu ɖo ɖe wo be, “Ne miele dzinye eye miele nye ɖoɖowo dzi wɔ ge la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ Ahab ƒe viŋutsuwo ƒe tawo vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣe aleawo ɣi.” Ahab ƒe viŋutsu blaadre siawo nɔ amegãwo ƒe aƒewo me le dua me, afi si wonyi wo le tso woƒe ɖevime ke. Esi woxɔ agbalẽa la, wowu wo ame blaadreawo katã eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me heyi na Fia Yehu le Yezreel. Dɔla aɖe gblɔ na Yehu be, “Ahab ƒe viwo ƒe tawo va ɖo.” Yehu ɖe gbe be, “Mili kɔ wo ɖe teƒe eve ɖe dua ƒe agbo nu; woanɔ afi ma va se ɖe ŋufɔke.” Esi ŋu ke la, Yehu do go. Etsi tsitre ɖe ameawo katã ŋkume hegblɔ be, “Mia tɔ dzɔ. Nyee ɖo nugbe ɖe nye aƒetɔ ŋu eye mewui, ke ame kae wu ame siawo katã? Ekema minyae be, nya ɖeka pɛ hã mado le nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la me o. Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo to eƒe dɔla Eliya dzi.” Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o. Azɔ la, Yehu dze mɔ yina Samaria. Esi wòɖo Bet Eked afi si alẽkplɔlawo nɔna la, edo go Yuda fia, Ahazia nɔviŋutsuwo le afi ma eye wòbia wo be, “Ame kawoe mienye?” Woɖo eŋu be, “Fia Ahazia ƒe ƒometɔwo míenye, míeyina Samaria be míakpɔ Fia Ahab kple fiasrɔ̃ Yezebel ƒe viwo ɖa.” Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ. Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me. Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo. Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Ahab xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma abe ale si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la ene. Yehu ƒo ƒu ameawo katã nu eye wògblɔ na wo be, “Ahab subɔ Baal vie ko. Yehu asubɔe ŋutɔ. Azɔ la, miyɔ Baal ƒe Nyagblɔɖilawo, nunɔlawo kple eƒe subɔlawo katã. Mikpɔ egbɔ be, ame sia ame va elabena mele vɔsa gã aɖe wɔ ge na Baal. Ame sia ame si agbe vava la, maganɔ agbe o.” Ke Yehu ɖe wòle ameawo blem ale be yeate ŋu atsrɔ̃ Baal ƒe nunɔlawo. Yehu gblɔ be, “Miƒo ƒu ameawo nu hena bubudede Baal ŋu.” Ale woɖe gbeƒã kpekpe sia. Yehu gaɖo amewo ɖe Israelnyigba dzi eye Baal nunɔlawo katã va; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe vava o. Womimi wo ɖokuiwo ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me woyɔ gbedoxɔ la ƒe afi sia afi kpikpikpi. Yehu gblɔ na ame si kpɔa awu kɔkɔeawo dzi la be, “Kpɔ egbɔ be èhe awu kɔkɔeawo ɖe go na Baal nunɔlawo.” Ale wòhe awuawo ɖe go na wo. Azɔ la, Yehu kple Yehonadab, Rekab ƒe vi yi Baal ƒe gbedoxɔ la me eye wogblɔ na Baal nunɔlawo be, “Mikpɔ egbɔ be ame siwo subɔa Baal koe le afi sia. Migana ame siwo subɔa Yehowa la dometɔ aɖeke nage ɖe xɔa me o!” Esi Baal nunɔlawo de asi akpedavɔwo kple numevɔwo sasa me la, Yehu na eƒe ame blaenyi ɖe to ɖe gbedoxɔ la. Egblɔ na wo be, “Ne mieɖe mɔ ame aɖe si la, miaku ɖe sisila la teƒe.” Esi Yehu wu akpedavɔsa kple numevɔsa la nu la, edo go ɖagblɔ na eƒe ameawo be, “Miyi gbedoxɔ la me eye miawu ameawo katã. Migana wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã nasi adzo o!” Ale wowu ameawo katã eye wohe woƒe kukuawo yi gota. Yehu ƒe amewo ge ɖe gbedoxɔ emetɔ me. Wohe sɔti si ŋu dɔ wowɔna le Baal subɔsubɔ me la do goe eye wotɔ dzoe. Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe. Ale Yehu ɖe Baal subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le Israelnyigba dzi. Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me. Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.” Ke Yehu medze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome kple eƒe dzi blibo o, elabena meɖe asi le Yeroboam ƒe nu vɔ̃ siwo he Israel de nu vɔ̃ me la ŋuti o. Le ŋkeke mawo me la, Yehowa ɖiɖi Israel ƒe agbɔsɔsɔ. Hazael ɖu Israelviwo dzi le nuto me blibo la me, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me. Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehu ku la, woɖii ɖe Samaria. Via Yehoahaz ɖu fia ɖe eteƒe. Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaeve-vɔ-enyi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/11-f89de008bb38515b17560ded23c017ea.mp3?version_id=1613,"Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o. Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum. Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo eye wòde se na wo gblɔ bena, “Nu si miawɔ lae nye esi: Mi ame siwo wɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la ƒe akpa etɔ̃lia ɖeka adzɔ fiasã la ŋu. Akpa etɔ̃awo dometɔ ɖeka nanɔ Sur gbo la ŋu dzɔm eye akpa mamlɛa nanɔ agbo si le gbedoxɔ ƒe agbo si le ame si dzɔa gbedoxɔ la ŋu la megbe. Mi ame siwo le akpa eve bubuawo me la, ame siwo mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi o la, miawo midzɔ gbedoxɔ la ŋu na fia la. Miɖe to ɖe fia la, eye ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Woawu ame sia ame si adi be yeadze mi. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli.” Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada. Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo. Dzɔla ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, ame si te ɖe vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe. Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!” Esi Atalia se ame siwo le gbedoxɔa ŋu dzɔm kple ameawo ƒe ɣli la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” Nunɔla Yehoiada de se na ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma. Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome. Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi le afi ma. Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/12-b9f348e8a5e9d6ead8239709593534b4.mp3?version_id=1613,"Le Yehu ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Yoas zu Yuda fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaene. Dadae nye Zibia tso Beerseba. Ewɔ nu dzɔdzɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me elabena nunɔlagã Yehoiada fia afɔɖoƒee. Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me. Mina nunɔla ɖe sia ɖe naxɔ ga la tso gadzikpɔla ɖeka si eye miawɔ eŋu dɔ adzra nu sia nu si miekpɔ be egblẽ le gbedoxɔa me la ɖo.” Ke le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, nunɔlawo medzra gbedoxɔ la ɖo o. Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.” Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme. Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo, gliɖolawo kple kpekpalawo. Woƒle ati kple kpe kpakpawo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzra ɖo eye woxe fe bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbedoxɔ la dzadzraɖo ŋu. Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o. Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo. Womebia tso dɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta na ame aɖeke o elabena wonye nuteƒewɔlawo. Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o. Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi. Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o. Woŋlɔ Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi. Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/13-00ba2078e09f121a923d7b467cd56abc.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu. Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe. Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene. Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria. Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene. Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe. Yehoas zu fia le Yuda fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, eye wònɔ zi dzi ƒe wuiade le Samaria. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me. Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe. Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!” Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ. Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi. Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.” Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ. Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!” Elisa ku eye woɖii. Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo. Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre. Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me. Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko. Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe. Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/14-ad8c40bd87bbf3e08e55bf9e68073176.mp3?version_id=1613,"Le Israel fia, Yehoas, Yehoahaz ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Amazia, Yoas ƒe vi zu fia le Yuda. Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem. Amazia wɔ nu si dze Yehowa ŋu. Togbɔ be mede tɔgbuia David nu o hã la, enye fia nyui aɖe abe fofoa Yoas ene. Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Esi Amazia kpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe ale si Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa me ene bena, “Womawu fofowo ɖe viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.” Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe. Gbe ɖeka la, Yuda fia, Amazia ɖo du ɖe Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la, be ne enye ŋutsu la, wòakplɔ eƒe aʋakɔ vɛ yewoawɔ aʋa. Fia Yehoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180). Fia Yehoas lɔ sika kple klosalo kple sikakplu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔa me kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo katã hekpe ɖe awɔbamewo ŋu eye wògbugbɔ yi Samaria. Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Yehoas ƒe fiaɖuɖu kple eƒe aʋawɔwɔ kple Yuda fia Amazia ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehoas ku la, woɖii ɖe Samaria le Israel fia bubuwo gbɔ eye via Yeroboam ɖu fia ɖe eteƒe. Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko. Le fofoa ƒe ku megbe la, etu Elat eye wòxɔe na Yuda. Azɔ la, Yeroboam Evelia zu Israel fia le Yuda fia Amazia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me la ene. Yeroboam Evelia gbugbɔ Israel ƒe anyigba xɔ tso Lebo Hamat va se ɖe Araba ƒu la nu abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe do ŋgɔ to Yona, Amitai ƒe vi, ame si nye Nyagblɔɖila tso Gat Hefer dzi la ene. Nu sia va eme elabena Yehowa kpɔ xaxa gã si me Israel ɖo; kluviwo kple dzɔleaƒeawo siaa le fu kpem, evɔ xɔnametɔ aɖeke menɔ wo si o la dzi ɖa. Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel. Woŋlɔ Fia Yeroboam Evelia ŋutinya, nu siwo katã wòwɔ, ŋusẽ gã si wòkpɔ, eƒe aʋawɔwɔwo kple ale si wògbugbɔ Damasko kple Hamat, du siwo Yuda xɔ le Israel si la, xɔ la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yeroboam Evelia ku la, woɖii ɖe Israel Fia bubuwo gbɔ eye via Zekaria zu Israel Fia yeye la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/15-248fad82da72991458430670ed3e65dd.mp3?version_id=1613,"Le Yeroboam Evelia, Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Azaria, Yuda fia Amazia ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. Exɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene gake, Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene. Woŋlɔ Fia Azaria ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Azaria ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me eye via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe. Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me. Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene. Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe. Woŋlɔ Zekaria ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme. Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe. Woŋlɔ nya bubuwo tso Fia Salum kple eƒe nugbeɖoɖowo ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu. Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. Menahem nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam Gbãtɔ wɔ xoxoxo la ene eye wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si. Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi. Woŋlɔ Fia Menahem ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe. Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme. Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi. Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la. Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda. Peka hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume; eya hã wɔ nu vɔ̃ si Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel blibo la de legbasubɔsubɔ me la wɔ. Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria. Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la. Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda. Woŋlɔ Peka ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu. Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti. Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/16-3c51845321f81f6faad358589d8bbf95.mp3?version_id=1613,"Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda. Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o. Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome. Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o. Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe. Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.” Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene. Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin. Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria. Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ. Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi. Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi. Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko. Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi. Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa. Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/17-2f479d1b574142a7b3841dccee43f778.mp3?version_id=1613,"Le Ahaz, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me la, Hosea, Ela ƒe viŋutsu zu Israel fia le Samaria; eɖu fia ƒe asiekɛ. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ke menye abe ale si Israel fia siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ ene o. Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe. Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta. Azɔ la, Asiria ƒe asrafowo va yɔ Israelnyigba dzi, woɖe to ɖe Samaria, Israel ƒe fiadu la ƒe etɔ̃. Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me. Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo. Wodze dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la ƒe subɔsubɔwo yome hekpe ɖe subɔsubɔ siwo Israel fiawo he vɛ la ŋu. Israelviwo wɔ nu siwo mele eteƒe o la le bebeme ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu. Tso gbetakpɔxɔ dzi yi ɖe du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me la, woawo ŋutɔ tu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me. Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒe ɖe sia ɖe abe ale si dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la wɔna ene. Wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo na Yehowa do dziku. Wosubɔ legbawo, evɔ Yehowa gblɔ na wo be, “Migawɔ esia o.” Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.” Ke Israel meɖo to o. Wonye kɔlialiatɔwo abe wo fofowo ene eye womeka ɖe Yehowa, woƒe Mawu la dzi o. Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o. Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo. Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. Eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta va se ɖe esime Yuda ƒe viwo koe susɔ ɖe anyigba la dzi. Ke Yuda gɔ̃ hã gbe Yehowa, woƒe Mawu la ƒe sewo dzi wɔwɔ. Woawo hã to Israel ƒe mɔ vlowo dzi. Ale Yehowa gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã. Ehe to na wo esi wòtsɔ wo de asi na woƒe futɔwo va se ɖe esime wotsrɔ̃ wo. Elabena Israel ɖe eɖokui ɖa tso David ƒe fiaɖuƒe la me eye wòtia Yeroboam, Nebat ƒe vi abe eƒe fia ene. Yeroboam he Israel ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ. Ena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ eye womeɖe asi le nu vɔ̃ si me Yeroboam kplɔ wo dee la wɔwɔ ŋu o, va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe. Asiria fia kplɔ amewo tso Babilonia, Kuta, Ava, Hamat kple Sefarvaim ɖada ɖe Samaria ƒe duwo me ɖe Israelviwo teƒe. Ale Asiriatɔwo xɔ Samaria kple Israel du bubuwo. Ke esi Asiriatɔ siawo mesubɔa Yehowa esi wova ɖo anyigba la dzi enumake o ta la, Yehowa ɖo dzatawo ɖa wowu wo dometɔ aɖewo. Ale woɖo du ɖe Asiria fia be, “Mí ame siwo nèna míetso mía de va le Israel la, míenya anyigba la ƒe Mawu ƒe sewo o, ale woƒe Mawu la ɖo dzatawo ɖa be woawu mí elabena míesubɔe o.” Ale Asiria fia ɖe gbe be, “Mina nunɔla siwo mieɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka nagbugbɔ ayi afi ma eye wòafia nu si anyigba la ƒe Mawu di be ameawo nawɔ la mi.” Ale nunɔla siwo woɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka va nɔ Betel eye wòfia ale si woasubɔ Yehowae wo. Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi. Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima. Avitɔwo subɔa woƒe mawu siwo nye Nibhaz kple Tartak eye Sefartɔwo tsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa numevɔe le woƒe mawu siwo nye Adramelek kple Anamelek la ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi. Ke wogalé dukɔ siwo me wotso la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi kokoko. Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe. Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o. Ke Yehowa, ame si ɖe mi tso Egipte kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ, si wòdo ɖe dzi lae nye ame si wòle be miasubɔ. Eyae migade ta agu na eye eyae miasa vɔwo na. Ele be Yakob ƒe dzidzimeviwo nawɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi eye womasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.” Elabena Yehowa gblɔ be, “Migaŋlɔ nubabla si mewɔ kpli mi la be o. Migasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o. Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.” Ke wogbe toɖoɖo eye wogayi woƒe agbenɔnɔ tsãtɔ dzi ko. Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/18-11a5df1cfa71388d90a15fba7ed10313.mp3?version_id=1613,"Le Israel fia, Hosea, Ela ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Yuda fia, Ahaz ƒe viŋutsu Hezekia zu fia. Edze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene. Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ. Exɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi se kple dzi blibo eye fia siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖeke menɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kpɔ abe eya ene o. Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi. Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o. Hezekia ɖu Filistitɔwo dzi tso gbetakpɔxɔ dzi va se ɖe du siwo woɖo gli ƒo xlãe la dzi; eɖu Filistitɔwo dzi yi ɖe Gaza kple eƒe nutowo me ke. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la. Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi. Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me. Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ. Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi. Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye. Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me. Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia. Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to. Wobia tso Fia Hezekia si be wòava ƒo nu kple yewo, ke Hezekia ɖo Eliakim, Hilkia ƒe vi si nye eƒe asitsanyawo dzi kpɔla, Sebna, eƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala ɖa be woabia ŋutifafa. Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be, “Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: ‘Nu ka dzie nètu wò dzideƒo sia ɖo? Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? Kpɔ ɖa, azɔ la, èle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu, Egipte si nye aƒla ŋeŋe si tɔa asi na ame, dea abi ame ŋu ne èziɔ ɖe eŋu. Nenema tututue Farao, Egipte fia le ɖe ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti. Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa? “ ‘Va azɔ ne nàtso gbe kple nye aƒetɔ Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò ne àte ŋu akpɔ wo dolawo ko! Togbɔ be nèle dzi ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo wò hã la, aleke nàte ŋu awɔ aɖu nye aƒetɔ ƒe aʋafiawo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã dzi? Gawu la, ɖe meva be madze teƒe sia dzi atsrɔ̃e ne nyemexɔ gbe tso Yehowa gbɔ oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be mava ƒo ɖe dukɔ sia dzi ne matsrɔ̃e.’ ” Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.” Ke Asiriatɔwo ƒe aʋafia la ɖo eŋu be, “Ɖe nye aƒetɔ ɖom ɖa be maƒo nu na mi kple miaƒe aƒetɔ koa? Ɖe meɖom ɖe ame siwo le glia dzi la hã gbɔ oa? Elabena evɔ na wo abe miawo ke ene. Woaɖu woawo ŋutɔ ƒe afɔdzi eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ!” Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya! Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o! Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’ “Migaɖo to Fia Hezekia o. Nya si Asiria fia gblɔe nye esi: Miwɔ ŋutifafa kplim eye miava gbɔnye. Ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu nu tso eya ŋutɔ ƒe wain kple gboti me eye wòano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o! “Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’ Dukɔ bubu aɖe ƒe mawuwo ɖe eƒe amewo tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria? Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigba tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asi me?” Ke ame siwo nɔ glia dzi la meke nu o, elabena woƒe fia de se na wo be, womegagblɔ nya aɖeke o. Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/19-7e6419e2e9eac6b110b84de1bd8f66c1.mp3?version_id=1613,"Esi Fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, ta akpanya eye wòyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ na Eliakim, Sebna kple nunɔla tsitsitɔ aɖewo be woata akpanya eye woayi Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi gbɔ agblɔ nɛ be, “Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene. Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’ ” Esi Fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. Miɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ” Esi aʋafia si le aʋakɔ siwo le gbea dzi dzi kpɔm la se bena, Asiria fia dzo le Lakis la, etrɔ dzo yi aƒe eye wòkpɔ fia la le aʋa wɔm kple Libna. Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ Ènya nu siwo Asiria fia wɔ le afi sia afi si wòyi la nyuie; wogblẽ nu sia nu. Nu ka ta tɔwò ato vovo tso bubuawo tɔ gbɔ? Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã! Afi ka Hamat fia kple Arpad fia le? Nu kae wɔ Sefarvaim kple Hena kple Iva ƒe fiawo?” Fia Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔwo si, xlẽe eye wòyi gbedoxɔ me be yeatsɔe aɖo Yehowa ŋkume. Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. “Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fia ɖu dukɔ siawo katã dzi eye wòtɔ dzo woƒe mawuwo elabena menye mawuwoe wonye o, ke boŋ ati kple kpee wonye. Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe wonye. Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.” Tete Yesaya, Amoz ƒe vi ɖo du ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa tso Senakerib, Asiria fia, ŋuti. Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti: “ ‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la, do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò. Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ. Ame kae nèdzu hegblɔ busunya ɖe eŋuti? Ame ka ŋutie nèkɔ wò gbe dzi ɖo eye nètro ŋku kpɔe dadatɔe? Ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋutie! Èdɔ wò dɔlawo be woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi. Ègblɔ be, “Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tame eye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame. Melã sedati kɔkɔwo kple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi. Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu ke kple eƒe ave nyuitɔwo tame. Meɖe vudo ɖe dzronyigba dzi heno tsi le afi ma. Metsɔ nye afɔƒome fanya Egipte ale gbegbe be eƒe tɔsisiwo katã mie.” “ ‘Mèsee do ŋgɔ oa? Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke. Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi; ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago. Ŋusẽ vɔ le woƒe amewo ŋu eye vɔvɔ̃ kple ŋukpe lé wo. Ale wole abe gbe le gbedzi, gbe damawo kple gbe si mie ɖe xɔta eye ŋdɔ ɖui wòku hafi wòva tsi la ene. “ ‘Ke menya afi si nèle, wò dodo kple gbɔgbɔ kple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye. Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.’ “Esia anye dzesi na wò, Oo Hezekia: “Ƒe sia me la, miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si, ne ƒe trɔ la, miagaɖu esiwo susɔ. Ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu, miaxa nu, miade waingble eye miaɖu eme kutsetsewo. Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la woato ke, eye woatse ku. Elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi. “Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme. “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi: “ ‘Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple eƒe akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o. Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o. Yehowae gblɔe. Maʋli du sia ta eye maɖe du sia le nye ŋutɔ nye ŋkɔ kple nye dɔla, David ta.’ ” Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ. Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma. Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/20-f9cdf94bd4dbd689998f88fdaca6c67d.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi yi egbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabena èle kuku ge eye màhaya o.’ ” Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, “Oo Yehowa, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le anukwareɖiɖi me kple ale si metsɔ nye dzi blibo la wɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Eye Hezekia fa avi vevie. Hafi Yesaya nado le xɔxɔnu titinatɔ me la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena, “Trɔ nàyi ɖagblɔ na Hezekia, nye dukɔ ƒe kplɔla be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Mayɔ dɔ wò. Ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi la, àyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔƒewo dzi eye maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta le nye ŋkɔ kple nye dɔla David ta.’ ” Tete Yesaya gblɔ nɛ be, “Tu gbotsetsewo wòabla nyuie.” Wotui eye wokae ɖo ƒoƒoeawo dzi nɛ eye eƒe lãme se. Hezekia bia Yesaya be, “Nu kae anye dzesi be Yehowa ayɔ dɔm eye mayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me ŋkeke etɔ̃ tso egbe sia dzi?” Yesaya ɖo eŋu nɛ be, “Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò be Yehowa awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo; àdi be vɔvɔli nayi megbe ɖoƒe ewo loo wòayi ŋgɔ ɖoƒe ewoa?” Hezekia gblɔ nɛ be, “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo, eya ta na wòayi megbe ɖoƒe ewo boŋ.” Tete Nyagblɔɖila Yesaya do ɣli na Yehowa eye Yehowa na vɔvɔli yi megbe ɖoƒe ewo le Ahaz ƒe ɣega te. Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ nunana ayi na Hezekia elabena ese be edze dɔ. Hezekia xɔ wo nyuie eye wòtsɔ eƒe kesinɔnuwo katã fia wo. Kesinɔnu siawoe nye klosalo, sika, atikeʋeʋĩ, ami xɔasiwo kple aʋawɔnuwo. Naneke mele fiasã la alo dukɔ la me esi Hezekia metsɔ fia wo o. Nyagblɔɖila Yesaya yi Fia Hezekia gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka dim ame siawo le? Afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso Babilonia ke.” Yesaya biae be, “Nu kawoe wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Metsɔ nye kesinɔnuwo katã fia wo.” Yesaya gblɔ nɛ be, “Ɖo to Yehowa ƒe nya sia: Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe. Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.” Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Ke nu si tututu wòbu le eɖokui me lae nye, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ ɖeɖe nanɔ anyi le nye ŋutɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo me ko!” Woŋlɔ Hezekia ƒe ŋutinya mamlɛa, nu gã siwo wòwɔ abe ta kple tɔʋu siwo wòɖe ene kple ale si wòhe tsi va dua me la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Hezekia ku la, via Manase ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/21-021e210395b77afafe0f700885634195.mp3?version_id=1613,"Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Hefziba. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòli aƒeli abe ale si Ahab, Israel fia, wɔ la ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. Etu vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, teƒe si ŋu Yehowa gblɔ le be, “Yerusalem anye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.” Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. Etsɔa Via ŋutsuvi saa dzovɔe. Ekaa afa, dea nubiaƒe kple ŋɔliyɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ. Manase li aƒeli si wòwɔ la ɖe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Yehowa ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be wolé se siwo katã mede na wo kple se siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.” Ke ameawo meɖo to Yehowa o eye Manase na wowɔ nu vɔ̃ wu dukɔ siwo ƒo xlã wo, togbɔ be Yehowa tsrɔ̃ dukɔ siawo le woƒe nu vɔ̃wo ta, esi Israelviwo ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. Yehowa ƒo nu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na ameawo be, “Esi Fia Manase wɔ nu vɔ̃ siawo eye wòvɔ̃ɖi wu Amoritɔwo, ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã eye esi wòkplɔ Yuda de legbasubɔsubɔ me ta la, Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃. Matsɔ dzidzeka si metsɔ dzidze Samaria kple Ahab ƒe aƒe la adzidze Yerusalem. Maklɔ Yerusalem abe ale si woklɔa agbae ene eye matrɔe atsyɔ anyi. Gawu la, magbe nu le nye ame ʋɛ siwo asusɔ la gɔ̃ hã gbɔ eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo elabena wowɔ nu vɔ̃ le nye ŋkume eye wodo dɔmedzoe nam tso esime mekplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte va se ɖe fifi.” Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa. Woŋlɔ Manase ƒe fiaɖuɖu vɔ̃ɖi la ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo wòwɔ kpakple eƒe nu vɔ̃ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Esi wòku la woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ si nye Uza ƒe abɔ le fiasã la me, eye via Amon ɖu fia ɖe eteƒe. Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Dadaa ŋkɔe nye Mesulemet, Haruz ƒe vinyɔnu, ame si tso Yotba. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Ewɔ nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔ eye wòsubɔ legba siwo katã fofoa subɔ. Gawu la, egbe nu le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la gbɔ eye mezɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o. Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowu fia la le eƒe fiasã me. Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi Yosia ɖo fiae. Woŋlɔ Amon ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Woɖii ɖe eƒe yɔdo me le Uzabɔ me eye via Yosia ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/22-bedfc483f82e5d34fdc772387f61262a.mp3?version_id=1613,"Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Dadae nye Yedida si nye Adaya tso Bozkat la ƒe vinyɔnu. Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia David ƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusime alo miame o. Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be, “Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi. Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo: atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo. Womebia tso xɔtutudɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta tso woƒe nu gbegblẽwo ŋu tsitotsito o elabena wonye nuteƒewɔlawo.” Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe. Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.” Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la. Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo. Eɖe gbe na nunɔla Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Akbor, Mikaya ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, “Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.” Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, ‘Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu. Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’ Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/23-938a742df6cb7ca4086723c43d247b76.mp3?version_id=1613,"Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu. Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel. Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo. Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi. Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli. Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame. Togbɔ be nunɔla siawo mewɔ subɔsubɔdɔwo le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o hã la, woɖua abolo maʋamaʋã kple nunɔla bubuawo. Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o. Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã. Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me. Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la. Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo. Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo. Esi Fia Yosia nɔ ŋku tsam gbe ɖeka la, ekpɔ yɔdo aɖewo ɖaa le to la ŋu. Eɖe gbe na eƒe amewo be woaɖe ƒuawo le yɔdoawo me eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui si le Betel la dzi, ado gui ale be, nya si Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ da ɖi be adzɔ ɖe Yeroboam ƒe vɔsamlekpui dzi la nava eme. Fia la bia be, “Yɔdokpe kae nye ema le afi ma?” Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Nyagblɔɖila si tso Yuda va gblɔ nu si nèwɔ fifia da ɖi be adzɔ ɖe vɔsamlekpui sia dzi le Betel la ƒe yɔdoe!” Ale Fia Yosia gblɔ be, “Migaka asi eŋu o. Migaɖe fu na nyagblɔɖila la ƒe ƒuwo o.” Ale wometɔ dzo eƒe ƒuwo kple nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo o. Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene. Ewu trɔ̃subɔlawo ƒe nunɔlawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpuiwo dzi eye wòtɔ dzo ameƒuawo ɖe vɔsamlekpuiawo dzi hedo gu wo. Azɔ la etrɔ va Yerusalem. Fia Yosia gblɔ na eƒe amewo azɔ be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖe se siwo Yehowa, woƒe Mawu la na woŋlɔ ɖe Nubabla ƒe Agbalẽ la me la nu. Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ nenema tso Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli o eye womegaɖui kpɔ nenema le Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe fiaɖuɣiwo katã me o. Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Yosia tsi ŋɔliyɔyɔ, adzewɔwɔ kple legbasubɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nu le Yerusalem kple anyigba blibo la dzi. Ewɔ alea elabena edi be yeawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si Nunɔla Hilkia fɔ le gbedoxɔ la me la dzi pɛpɛpɛ. Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o. Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.” Woŋlɔ Fia Yosia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido. Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe. Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene. Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda. Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo. Fia Yehoyakim ma ga home si Egipte fia bla na dukɔa la na eteviwo, ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu be wòate ŋu akpɔ ga la axe na Egipte fia. Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Zebida, Pedaya vinyɔnu. Etso Ruma. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/24-91056f64c2eded2d3db83dee84d280e3.mp3?version_id=1613,"Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu. Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene. Nu siawo dzɔ ɖe Yuda dzi le Yehowa ƒe ɖoɖo nu ale be yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkume le Manase ƒe nu vɔ̃ kple nu siwo katã wòwɔ la ta. Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o. Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe. Egipte fia Farao megatrɔ gbɔ emegbe o elabena Babilonia fia yi ɖanɔ anyigba si Egipte fia gblɔ be enye ye tɔ la dzi. Teƒe siawo nye Yudanyigba blibo la tso Egipte tɔsisi la to yi ɖatɔ Frat tɔsisi la. Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoa wɔ ene. Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem. Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem, eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me. Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu. Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi. Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia. Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre (7,000) kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa. Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia. Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene. Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2KI/25-cd2c372757b1bd04c6071fc518d46983.mp3?version_id=1613,"Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe. Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome eye wotui le Yeriko ƒe gbadzaƒe. Fia la ƒe asrafowo gble fia la ɖi eye woka hlẽ. Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe. Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia. Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrea gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si nye dɔnunɔla le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea. Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe. Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo. Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o. Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ. Akɔblitametsyɔnu si wowɔ tsyɔ sɔtiawo tame la ƒe kɔkɔme le mita ɖeka kple afã eye woɖo atsyɔ̃ nɛ kple yevuboɖati ƒe seƒoƒo siwo wowɔ kple akɔbli. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. Ke le ame siwo susɔ ɖe dua me dome la, ekplɔ aʋafia si le aʋawɔlawo nu kpe ɖe ame atɔ̃ siwo nye fia ƒe aɖaŋuɖolawo ŋuti. Ekplɔ agbalẽŋlɔla gã, ame si ganye dɔnunɔlagã, si kpɔa amewo xɔxɔ de asrafodɔ me ƒe nyawo gbɔ hekpe ɖe eŋutime blaade siwo susɔ ɖe dua me la ŋuti. Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla. Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi. Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu. Esi Israel ƒe aʋawɔla aɖewo, ame siwo womelé o la se be Babilonia fia tsɔ Gedalia ɖo dzikpɔlae la, kplɔla aɖewo kple woƒe amewo va wɔ ɖeka kplii le Mizpa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ismael, Netania ƒe vi, Yohanan, Karea ƒe vi, Seraya, Tanhumet ƒe vi tso Netofat kple Yaazania, si tso Makat kple woƒe amewo. Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.” Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa. Ale Yudatɔwo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple asrafomegãwo katã si yi Egipte elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Babiloniatɔwo. Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi. Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia. Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/1-07654b5619bbb081f04e353be01dbe1c.mp3?version_id=1613,"Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu, ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la. Eya ta enyo nye hã ŋunye, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedzea me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofilos, be wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea. Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi. Wo kple evea wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume, eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe. Gake vi aɖeke hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ, eye wo ame eve la katã wotsi ŋutɔ. Eva eme be Zekaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔnu la nu le Mawu ƒe ŋkume, eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ. Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be yewoasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa. Zekaria nɔ kɔkɔeƒe la, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka, eye wònɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la ƒe nuɖusime. Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi. Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes. Mi ame eve la miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le edzidzi ta, eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi, elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye akplɔ Israelvi geɖewo ava Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe. Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.” Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?” Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò, gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.” Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema. Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo, esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me. Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ. Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔ me nyo ŋutɔ be wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.” Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret, si le Galilea la me. Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe. Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli wò.” Maria ɖi vo, eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ. Edze agbagba bu ta me le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu. Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe! Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ. Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.” Maria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.” Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi. Gawu la, anɔ abe ɣleti adee nye esi va yi ene la, wò ƒometɔ Elizabet, ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me. Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.” Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme nam.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume. Le ŋkeke siawo me la, Maria tso, eye wòɖe abla yi Yudea dua me, eye wòge ɖe Zekaria ƒe aƒe me, eye wòdo gbe na Elizabet. Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu. Elizabet do dzidzɔɣli, eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake. Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa! Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔ me nam le dzidzɔ ta. Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.” Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe. Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti. Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime. Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime. Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ, eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me. Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi. Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe. Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.” Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe. Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo, eye wòdzi ŋutsuvi. Nya sia kaka ɖo eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔ me na Elizabet, eye wo katã wokpɔ dzidzɔ. Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ, gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.” Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o.” Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia. Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, “Eŋkɔe nye Yohanes.” Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe. Nyadzɔdzɔ blibo la wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ, eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ la dzi la katã me. Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zekaria me, eye wògblɔ nya siawo ɖi be, “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, elabena eva, eye wòɖe eƒe dukɔ. Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David ƒe aƒe me (abe ale si wògblɔe to eƒe Nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene), be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asi me, ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe, kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me. “Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila, elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ, ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me, le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo, ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.” Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/2-b2972e09734b359953043c674a701eb4.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me. (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma. Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me. Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o. Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me. Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ, gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa! “Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me. Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.” Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be, “Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.” Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.” Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩ la hã, wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame. Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe. Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu, be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa, eye gawu la, wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene. Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã. Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume (elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”). Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve. Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo. Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la, Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be, “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me, elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene. Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe, si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume. Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!” Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta. Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene, ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la, yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.” Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime, eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii. Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la. Esi Yosef kple Maria wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea. Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu. Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o, elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma. Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo. Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta. Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.” Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?” Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o. Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me. Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/3-d8f31745f8151a97d2545a9e75fa408e.mp3?version_id=1613,"Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum, esime Anas kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va na Yohanes, ame si nye Zekaria ƒe vi la le gbedzi. Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi, nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be, “Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi, ‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi! Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe. Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi. Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ! Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e. Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ” Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu? Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham. Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.” Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke.” Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo. Wobiae be, “Nufiala nu ka míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.” Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!” Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o? Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Ame si si lugbɔnu le, be wòatsɔ akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.” Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie kple nya siawo esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo. Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la, Herod lé Yohanes hã de gaxɔ me. Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.” Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli, Heli fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef, Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos, Amos fofoe nye Nahum, Nahum fofoe nye Esli, Esli fofoe nye Nagai, Nagai fofoe nye Mat, Mat fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Semein, Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda, Yoda fofoe nye Yoana. Yoana fofoe nye Resa, Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel, Sealtiel fofoe nye Neri. Neri fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Adi, Adi fofoe nye Kosam, Kosam fofoe nye Elmadam, Elmadam fofoe nye Er, Er fofoe nye Yosua, Yosua fofoe nye Elieza, Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Simeon, Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yosef, Yosef fofoe nye Yonam, Yonam fofoe nye Eliakim, Eliakim fofoe nye Melea, Melea fofoe nye Mena, Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan, Natan fofoe nye David, David fofoe nye Yese, Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz, Boaz fofoe nye Salmon, Salmon fofoe nye Naheson, Naheson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Ram, Ram fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezron, Hezron fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ, Nahɔ fofoe nye Serug, Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg, Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe nye Sela, Sela fofoe nye Kainan, Kainan fofoe nye Arfaxad, Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa, Noa fofoe nye Lamek, Lamek fofoe nye Metusela, Metusela fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared, Yared fofoe nye Mahalalel, Mahalalel fofoe nye Kenan, Kenan fofoe nye Enos, Enos fofoe nye Set, Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye Mawu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/4-79dbb2d2ea1b1f0cde53aa6f8237f9d2.mp3?version_id=1613,"Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la dzo le Yɔdan tɔsisi la to, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe. Enɔ afi ma ŋkeke blaene, eye Abosam va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o, ale dɔ wui vevie. Abosam gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie nenye tututu la, ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.” Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye wògblɔ na Yesu be, “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple ŋutikɔkɔe ana; elabena tɔnyewoe, eye mate ŋu atsɔ wo na ame sia ame si melɔ̃. Eya ta ne èdze klo de ta agu nam ko la, matsɔ wo na wò.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ.” Azɔ Abosam gakplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be, “ ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me, ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Mègate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ o.’ ” Esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũu azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la, amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo. Le mawunya deto siwo wògblɔna le woƒe ƒuƒoƒewo ta la, ame sia ame kafunɛ ŋutɔ. Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la, wotsɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋu teƒe si woŋlɔ ɖo be, “Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me, eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.” Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa. Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbeŋkeke sia dzi.” Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mèwɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’ “Vavã mele egblɔm na mi be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o. Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi. Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ. Mibu Nyagblɔɖila Elisa, ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.” Yesu ƒe nya siawo ve dɔ me na ameawo ŋutɔ le ƒuƒoƒea esi wose wo. Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋu me nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze agame. Gake ezɔ to amehawo dome hedzo le wo gbɔ kɔ̃ɔ. Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me, eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Dzudzɔgbe ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le woƒe ƒuƒoƒewo. Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu ŋusẽtɔe. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be, “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.” Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me, eye megawɔ nu vevi aɖekee o. Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ, ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu, ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?” Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒe aƒe me, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu.” Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme. Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu, eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo. Gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me, eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe. Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum. Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le woƒe ƒuƒoƒewo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/5-e6b00ffb983b7d0d11b21963cfad5812.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka esi Yesu le tsitre nɔ nu fiam le Genesaret ƒuta la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma. Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema miaɖe lã fũu.” Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la.” Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be woava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ gɔ̃ hã. Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.” Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo, eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ɖelawo!” Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome. Gbe ɖeka la, Yesu kpɔ kpodɔléla aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la me. Esi kpodɔléla la kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ̃ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.” Yesu ka asi ŋutsua hegblɔ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake, eye dɔ la vɔ le eŋu. Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu. Gake zi geɖe la, edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple sefialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem la me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu. Kasia, ame aɖewoe nye esiwo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, gake womete ŋui o le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta. Le esia ta wolia xɔa, eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la kple eƒe aba ɖe Yesu kɔme tututu. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?” Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’? Ke ne mianyae bena ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒe me.” Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia, ŋutsua tsi tsitre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba, eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo. Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.” Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.” Ale Levi gblẽ nu sia nu ɖi, eye wòtso enumake hedze eyome. Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me. Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nuwɔna sia ŋu, eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖua nu henoa nu kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ko, hena dzimetɔtrɔ.” Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã. Ke Yesu bia wo be, “Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ li kpli wo mahã? Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.” Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menya kpɔna o; gawu la, enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã. Nenema ke womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo, eye aha la katã akɔ ɖe anyigba. Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo. Nenema kee ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/6-41705d7cae399568cc852762c33cb7db.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo, klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum. Farisitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ wo, eye wogblɔ na Yesu be, “Nu ka ta miewɔ nu si mele se nu be woawɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o mahã?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Alo miexlẽ nu tso nu si David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa? Eyi ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye wòɖui, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o negbe nunɔlawo ko.” Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nye Amegbetɔ Vi lae nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.” Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene. Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe mɔ be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?” Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, “Dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo. Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti. Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã. Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui, eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo. Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), Andrea si nye Simɔn nɔviŋutsu, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla; Yuda si nye Yakobo vi, kple Yuda Iskariɔt ame si va zu yomemɔfiala. Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke va be yewoaɖo toe alo be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la, enya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo le amewo me. Ame geɖewo ŋutɔ nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be, “Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo nye ame dahewo la lalalm, elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mia lalam, ne amewo lé fu mi, ɖe mi le woƒe ha me, eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe Amegbetɔ Vi la ta! “Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti. “Ao, baba na mi kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo. Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna. Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo. Babaa na mi ame siwo ŋu amewo aƒo nu nyui le, elabena nenema kee wo fofowo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo. “Ke mi ame siwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi be: Milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miawɔ nyui na ame siwo lé fu mi la. Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta. “Nenye be ame aɖe ƒo wò tome ɖeka la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ wò dziwui la, mègagbe wò awutewuitsɔtsɔ nɛ o. Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o. Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema. “Ne mielɔ̃ mia lɔ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo hã lɔ̃a wo xɔlɔ̃wo. Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema! Ne miedoa ga na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woagaxee na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo be yewoaxɔ nenema ke emegbe. “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã. “Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. “Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu fɔ ame aɖeke, eye Mawu hã nabu fɔ mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, eye Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.” Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa? Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si xɔ hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe nufiala ene. “Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefi si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi màte ŋu akpɔ gãa si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa nɛ. “Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me. Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana. “Nu ka tae mieyɔam be ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’, evɔ miewɔa nye gbe dzi o? Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nya, eye wòwɔa edzi la, mafia ame si wòɖi mi. Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo, eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ, eye tsi ɖe xɔa la, mete ŋu mui o, elabena wotui nyuie. Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/7-db59a442c83ee4768e346cbf1d2af2f6.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me. Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. Wogblɔ na Yesu be, “Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí.” Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o. Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.” Esi Yesu se nya siawo la, nyawo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha si dze eyome la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.” Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒe me la, wokpɔ dɔla si nɔ dɔ lém la wòhaya, eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene. Le esia megbe la, Yesu yi du aɖe si woyɔna be Nain la me. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe kplɔe ɖo heyi. Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii. Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!” Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.” Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbeŋkeke sia dzi.” Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ, eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. Ke Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃la eve, eye wòdɔ wo ɖo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?” Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mí ɖo ɖe gbɔwò be míabia wò be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’ ” Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, Yesu da gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ” Le ame dɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le. Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’ Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!” (Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye nudzɔlawo la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu, eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. Farisitɔwo kple sefialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.) Azɔ Yesu bia wo be, “Aleke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “ ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’ Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo. Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.” Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la, nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si le dua me la se be Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Eyi ɖatsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe asi. Etsi tsitre ɖe Yesu ŋgɔ le eƒe afɔ nu, eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo, eye wòʋu nu le amiʋeʋĩ la nu hesi na wo. Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.” Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ, eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.” Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe, eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu. Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?” Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.” Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe. Le mía dekɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia. Mèsi ami ɖe ta nam o; ke eya tsɔ ami si ɖe nye afɔwo ŋuti. Le esia ta la, see be lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia la fia be wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee. Ke ame si wotsɔ nu vɔ̃ ʋɛ aɖe ko kee la ɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.” Yesu gblɔ na nyɔnu la azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame kae nye esia, si tsɔa nu vɔ̃wo hã kena mahã?” Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/8-8aa81d7ff6c1a91d3ac61519554b1dac.mp3?version_id=1613,"Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui la. Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le, Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii. Gbe ɖeka esi ame geɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu be yewoase eƒe nyawo, eye bubuwo hã ganɔ mɔ dzi gbɔna tso du bubuwo me la, edo lo sia na wo be, “Agbledela aɖe yi eƒe agble me be yeaƒã nuku. Esi wònɔ nukuawo wum la, ɖewo ge ɖe mɔƒome, eye amewo va zɔ wo dzi. Xeviwo hã va fɔ wo mi. Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me, gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩi afi si woakpɔ tsi le o. Bubuwo ge ɖe ŋugbewo me, eye womie kple ŋuawo, gake ŋuawo va vu tsyɔ̃ wo dzi, eye wotsrɔ̃. Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la, egblɔ be, “Ame si to senu li na la nesee.” Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be wòaɖe lododo la gɔme na yewo. Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ” Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye esi, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ vɛ na amegbetɔwo. Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya, gake Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me ale be wometea ŋu xɔa edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o. Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake metoa ke ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Woxɔna sena ɣeyiɣi aɖe, ke le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogbɔdzɔna. Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔ̃a nya la dzi le woƒe dziwo me, ale be wometsea ku ɖina o. Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.” Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu. Esia fia be gbe ɖeka la, woahe nu sia nu si le amewo ƒe dzi me la ɖe gaglãgbe be ame sia ame nakpɔ. Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.” Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Amewo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu te ɖe eŋu o. Ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ. Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, egblɔ be, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la, eye wowɔna ɖe edzi hã.” Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me. Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!” Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo. Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?” Wova ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba si le Galilea ƒua godo la dzi. Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna. Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!” Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe. Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o. Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo. Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. Esi hakplɔlawo kpɔ nu siwo dzɔ la, wolé du tsɔ sesĩe tu ta duwo kple kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo. Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã. Ame siwo kpɔ ale si Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la ŋui la gblɔe na wo tɔ bubuawo. Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma. Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo. Ke esi Yesu trɔ va la, ameha la xɔe atuu, elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo. Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me, elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo. Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ. Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye.” Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ. Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.” Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o.” Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.” Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko. Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!” Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku. Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tsitre.” Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!” Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/9-9f3b39ca13d4546312613d77bd9ec245.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi. Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o. Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.” Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti. Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyanyui la kakam, eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu. Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” Le esia ta la, Herod gblɔ na eɖokui be, “Metso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye esia si ŋu mele nya wɔnuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu. Esi apostoloawo trɔ gbɔ va la, wogblɔ nu siwo wowɔ la na Yesu. Emegbe la, Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me. Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome. Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?” (Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” ale ameha la nɔ anyi nenema. Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme. Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ. Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.” Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!” Ke ede se na wo vevie be womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o. Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.” Egblɔ na wo be, “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòanɔ ŋunye ɖaa. Ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e. Ke ame si tsrɔ̃ eƒe agbe ɖe tanye la, aɖee boŋ. Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe? “Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye hã makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu. “Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!” Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le. Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. Ŋutsu eve, Mose kple Eliya wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.) Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!” Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe. Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu. Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o.” Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.” Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa. Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta. Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be, “Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.” Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase. Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu ŋuti. Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi. Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.” Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.” Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo ta me kplikpaa ɖo ta Yerusalem, eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava. Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ ame dɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta. Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?” Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo. Ale wodzo yi kɔƒe bubu me. Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ be, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.” Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.” Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/10-161bf764e8cb18387b0cde1263c12616.mp3?version_id=1613,"Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me. Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. Azɔ miheyi, eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽvi siwo wodɔ ɖo ɖe amegaxiwo dome ene. Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o! “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’ Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi. “Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu. “Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua me tɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme. Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’ “Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be, ‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’ Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ bɔbɔe na Sodom wu du sia le Ʋɔnudrɔ̃gbe la. “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanya anɔ anyi ɖe afi me. Le nyateƒe me la, tohehe si woana Tiro kple Sidon la anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbe la. Mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me.” Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.” Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Satana wòge tso dziƒo abe dzikedzo ene! Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o. Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzi me fũu kple dzidzɔ blibo, eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyala gãwo gbɔ, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ. Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.” Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu, eye wògblɔ na wo dzaa be, “Woayra ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm. Nyagblɔɖilawo kple fia siwo nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me, eye yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele, gake womete ŋui o!” Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?” Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ” Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!” Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui, elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?” Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã. Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ. Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to, gake eya hã tso eme dzo. Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina, eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa. Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’ ” Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be, “Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo si me?” Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae nye ehavi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Eɖo eŋu nyuie, heyi, eye wò hã nawɔ nenema.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Yerusalem, eye wova ɖo kɔƒe aɖe me. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Marta la xɔ wo ɖe eƒe aƒe me. Marta nɔvi Maria va nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem. Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽe la, Marta te ɖe Yesu ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia, eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.” Gake Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. Ke nu ɖeka koe le vevie, eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/11-4ed009348b08cda150bb293521ccdb95.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.” Yesu gblɔ na wo be, “Ale miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Fofo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva. Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe, tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’ ” Yesu yi edzi gagblɔ na wo be, “Mitsɔe be, xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zãtitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam, elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem, eye naneke meli matsɔ nɛ wòaɖu o.’ “Mitsɔe be ame si le xɔ me la ɖo eŋu be, ‘Mègaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’ “Mele egblɔm na mi be nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne èƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò, elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii. Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi. “Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò bia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o! “Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?” Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ vavã. Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.” Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti? Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie. Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo. “Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.” “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me. Ne wòkpɔ be wokplɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛe, eye nu sia nu le ɖoɖo nu. Eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.” Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawò, ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.” Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la, Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae. Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome. Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.” “Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me. Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me. Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o. Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.” Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe egbɔ henɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu. Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa. Aƒetɔ la gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, mieɖoa ŋu ɖo tsɔa dzigbɔɖi klɔa kplu kple agbawo ŋuti, gake miaƒe agbe me yɔ fũu kple ɖiƒoƒo, ŋubiabiã kple tamesesẽ. Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ. “Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o. “Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina. “Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.” Sefialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, èdo vlo miawo hã.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o. “Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo. Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’ Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta. Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi. “Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.” Esi wòdo go tso afi ma la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tsitre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam be woalée le eƒe nuƒoƒo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/12-23d49c717238046f3e7a1e371cc5c59d.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka. Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame.” Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, “Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. “Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo. “Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene. Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume. Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. “Nenye be wokplɔ mi va ƒuƒoƒedzikpɔlawo kple amegãwo ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la alo atsɔ aɖe mia ɖokui nu ŋu o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.” Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò, gblɔ na nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam!” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia ƒomevi me?” Eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” Azɔ edo lo sia be, “Agble nyui aɖe si wɔa nuku la nɔ gatɔ aɖe si. Le nyateƒe me, eƒe nukuawo wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo gɔ̃ hã o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie, eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be, ‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo, eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo teƒe, ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã. Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.” ’ “Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?’ “Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi.” Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o, elabena agbe xɔ asi wu nuɖuɖu eye ŋutilã xɔ asi wu nudodo. Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã! Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu? “Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomo ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi. Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o. Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ. “Midzra ɖo, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim. Miawo la, miɖi dɔla siwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ be ne egbɔ tso srɔ̃ɖeƒe eye wòva ƒo ʋɔa la, ne yewoaʋui nɛ enumake. Dɔla siawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ne woƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòkpɔ be wole ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi be dɔla siawo anɔ kplɔ̃ ŋu, eye eya ŋutɔ ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu. Mienya ɣe ka ɣie wòava o, ate ŋu ava le zã ga asiekɛ me loo alo zãtitina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla siwo katã le klalo la. Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.” Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?” Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔ be ewɔ eƒe dɔdeasi. Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu. Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la, eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome. “Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o. Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.” “Ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu dɔ sia nu xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi. Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye va se ɖe esime enu nava yi. Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ metsɔ vɛ. Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me ama, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve atsi tsitre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme, eye akpa etɔ̃ atsi tsitre ɖe ŋunye. Vi kple tɔ ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dadaa dome. Eye nenye be lɔ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la, lɔ̃xoyɔvia atu afɔ eme.” Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ, eye wògblɔ be, “Ne miekpɔ lilikpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, ‘Agbafie le wɔwɔ ge.’ Eye tsi dzana hã vavã. Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, ‘Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.’ Eye esia hã vaa eme. Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o. “Nu ka ta miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o ɖo? Nenye be wò futɔ tsɔ nya ɖe ŋuwò, eye nèkpɔe le mɔ dzi wòyina fia ƒe ʋɔnu kple wò nya la, tɔe, eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade wò mɔ. Eye ne wode wò mɔ la, ànɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la wòavɔ keŋkeŋ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/13-492f82665e4d12ef4adeed450c934384.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi me la, ame aɖewo ka ale si Pilato na be wowu Galileatɔwo hetɔtɔ woƒe ʋu kple woƒe numemewo la ta nɛ. Yesu trɔ bia ameawo be, “Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa? Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o. “Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.” Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’ “Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la, malãe ƒu anyi.’ ” Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la, ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o. Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!” Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ, eye wòdzɔ ɖe tsitre kã hekafu Mawu. Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!” Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?” Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta. Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Aleke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsɔe asɔ ɖo? Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.” Egabia ake be, “Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe asɔ ɖo? Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.” Azɔ Yesu nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu. Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?” Eɖo eŋu na wo be, “Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o. Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’ “Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mí kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’ “Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’ “Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me. Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.” Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la, ekema dzo le afi sia, elabena Fia Herod le diwòm be yeawu.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele. Ɛ̃, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, mawu nye dɔ nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o. “O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o. Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o, va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/14-1044b36effcad8830ef3f151dcbd345c.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe. Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?” Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo. Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Nenye be via alo eƒe nyi ge dze do me le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?” Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o. Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua la tia kplɔ̃a ta. Le esia ta edo lo na wo gblɔ be, “Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli be yeanɔ kplɔ̃ ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la, ne edzɔ nenema la, ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò be, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi. “Nu si boŋ wòle be nàwɔe nye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò la ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.” Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsiŋkekea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.” Esi ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, “Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!” Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ. “Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o. “Bubu hã do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ. “Ame bubu hã gado taflatse be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃, eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnu la ɖi ava o. “Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui. “Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’ “Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ. Elabena mele egblɔm na mi be ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.’ ” Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. “Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo anyi, eye mete ŋu tui wu enu o la, ame siwo katã kpɔe la ade asi fewuɖuɖu le eŋu me. Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme, gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’ “Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa, ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi hã o? Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ. Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi! “Dze la, nu vevi ye, ke ne dze bu eƒe vivi la, ŋudɔwɔnu kae wòganye? Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe. “Ame si to senu li na la nesee.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/15-04fbc02834a4467468da894df70cf520.mp3?version_id=1613,"Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃ wɔla dovowo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya zi geɖe. Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã. Esia na be Yesu do lo sia na wo be, “Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? Eye nenye be èkpɔe la, àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe ayi aƒee. Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye, elabena èkpɔ wò alẽ si bu la. “Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ- vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o. “Mise lododo sia hã ɖa. Klosaloga ewo nɔ nyɔnu aɖe si, eye wòbu ga vevi siawo dometɔ ɖeka. Ɖe nyɔnu sia masi akaɖi adi ga la le eƒe aƒe ƒe dzogoewo katã me kple ɣaɣlaƒewo katã va se ɖe esime wòkpɔe oa? Eye ne ekpɔe ɖe, mayɔ eƒe aƒelikawo kple exɔlɔ̃wo agblɔ be, ‘Miva kpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo si mebu la oa?’ Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me.” Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ. “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me. Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ de asi ewuwu me. Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi kpɔm nɛ. Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o. “Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta! Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋutiwò, eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo dometɔ ɖeka ko ene.” ’ “Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ. “Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’ “Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake. “Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒe me la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me, ale wòyɔ subɔvi ɖeka hebiae be nu kae le edzi yim le aƒea me? Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃ gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’ “Dɔ me ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ, eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me. Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o. Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’ “Fofoa gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ ɖa, vinye lɔlɔ̃a, nye kpli wò míeli xoxoxo. Nu sia nu si le asinye la, tɔwòe. Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ elabena nɔviwòe. Azɔ eku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye míegafɔe.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/16-0d9fc1022926e7fae2731cb0ba3a2e4f.mp3?version_id=1613,"Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ. “Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’ “Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa. Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’ “Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖekaɖeka. Ebia gbãtɔ be, ‘Ho neni ƒe fe nènyi le nye aƒetɔ ŋu?’ “Eɖo eŋu be, ‘Amitimi kilolita etɔ̃.’ “Gakɔntametola gblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ gbãtɔ, nɔ anyi kaba, eye nàtrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.’ “Tete wòbia ame evelia be, ‘Fe nenie wò ya nènyi?’ “Eɖo eŋu be, ‘Lu kilo blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.’ “Egblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ, eye nàŋlɔ kilo blaetɔ̃.’ “Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.” Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me. “Ame si te ŋu wɔ nuteƒe le nu suetɔ me la ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la anye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me. Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si? Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke wɔ woatsɔ gã si nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò? “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.” Farisitɔ siwo lɔ̃a ga vivivo la se nya siawo katã, eye woɖo hehe ɖe Yesu ta. Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume. “Hafi Yohanes Mawutsidetanamela nadze mawunyagbɔgblɔ gɔme la, Mose ƒe sewo kple Nyagblɔɖilawo ƒe gbedeasiwo koe kplɔa mi. Gake Yohanes tsɔ nyanyui sia vɛ be mawufiaɖuƒe la gbɔna kpuie. Eye fifia la, ame geɖe ŋutɔ le ʋiʋlim vevie be yewoage ɖe eme. Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene. “Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si hã ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la hã wɔ ahasi.” “Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe. Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu. Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu. “Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii. Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’ “Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me. Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’ “Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me, elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’ “Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’ “Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’ “Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/17-b4ca810633464764b40925cae83e2d78.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃, gake baba na ame si dzi wòato ava.” Anyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃. Eya ta minɔ ŋudzɔ. “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee. Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me,’ la, ekema tsɔe kee.” Le ɣe bubu ɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.” Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi. “Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’? Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo, eye nàva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu, eye mano nu, le esia megbe wò hã nàɖu nu ano nu oa’? Ɖe wòada akpe na dɔla la, elabena ewɔ nu si wògblɔ nɛ be newɔa? Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’ ” Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi. Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be, “Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!” Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu. Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ.” Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o. Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?” Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be ɣe ka ɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge? Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku, alo woagblɔ be, ‘Edze egɔme tso afi sia’ alo ‘Ele akpa kemɛ o,’ elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.” Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadi be nye Amegbetɔ Vi la manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o. Amewo ava gblɔ na mi be, ‘Ele afii!’ alo ‘Ele afi mɛ!’ Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o. “Elabena Amegbetɔ Vi la ƒe tɔtrɔgbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le lilikpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe. Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye. “Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã. “Xexea me anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã. Ɛ̃, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi Amegbetɔ Vi atrɔ gbɔ la naɖo. “Ame siwo anɔ xɔta gbe ma gbe, eye woƒe nuwo nanɔ xɔ me la megatrɔ yi aƒe me be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o. Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒe me le dua me o. Miɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi! Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku, eye ame si aku la atsi agbe. Le zã ma me la, ame eve amlɔ abati ɖeka dzi, eye woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi. “Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi. [ Ame eve lanɔ agble me, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.]” Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Afi si nu kukuwo le la, afi mae akagawo hã nɔna!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/18-a181fba05eafb82ea26d0ddc1d2d38be.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o. Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o. Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’ “Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la, le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’ ” Aƒetɔ la yi edzi be, “Mise nu si ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa? Mele egblɔm na mi be aɖe wo enumake. Gake biabia lae nye be nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la metrɔ gbɔ ɖe, ame neni makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te le anyigba dzi?” Azɔ Yesu do lo sia na ame siwo dana be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womekpɔa ame bubu ɖe naneke me o la be, “Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla aɖe. Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’ “Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’ Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.” Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wonya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o. Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Le nyateƒe me la, mele egblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.” Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?” Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.” Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.” Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye. Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me! Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?” Yesu ɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!” Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.” Yesu ɖo eŋu be, “Esia le eme vavã, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la, akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.” Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge. Woatsɔm ade asi na Ame siwo menye Yudatɔwo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye, aƒom, eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ tso ku me.” Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o, elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene. Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si. Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye. Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.” Ale wode asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!” Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.” Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.” Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!” Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake, eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/19-76d9843c4b21040feb0f46dad68461f0.mp3?version_id=1613,"Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me. Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã. Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe. Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma. Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.” Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.” Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!” Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye. Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.” Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be, “Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’ “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’ “Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã. “Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’ “Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’ “Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’ Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’ “Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’ “Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’ “Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’ “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’ “Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ” Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ ” Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene, eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi. Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ. Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, gblɔ be, “Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!” “Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!” Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!” Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.” Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu, eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia. Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.” Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/20-e70b59afab7f5f542b29f2048ad65a2c.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?” Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’ ” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.” Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.” Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.” Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu. Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe. “Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’ “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’ Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!” Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.” Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la. Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ. Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.” Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be, “Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.” Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!” Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu. Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ. Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o. Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. Ke etɔ̃lia hã ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. Nyɔnua hã va ku mlɔeba. Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o. Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. “Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.” Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!” Ale wodzudzɔ woƒe nyawo biabia, elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya aɖekee o. Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.” ’ David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?” Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo. Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/21-ef49d0f312420827df7f45b4dca86925.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me ŋu. Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ko ɖe nudzɔɖaka la me. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ahosi dahe sia ƒe nunana sɔ gbɔ sãa wu nunalawo katã ƒe nunana. Elabena nenem ƒe ame siawo katã ƒe nunana la nye nu si wozã wòsusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.” Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la kple kpe nyuiwo ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le akpedanunana vovovo siwo ŋuti wokɔ hetsi wo ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ. Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.” Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?” Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o. Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o. Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo. “Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo. Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la ŋu o, elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo ta. Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o. Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe. “Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo vɔ. Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi. Ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o. Ŋkeke siawoe nye hlɔ̃biaŋkekewo be nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ. Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi. Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.” “Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu. Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ lilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe, eye mianɔ ŋudzɔ, elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi.” Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa, ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.” Nenema ke nenye be miekpɔ be nu siwo megblɔ na mi le eme vam la, minyae be mawufiaɖuƒe la te tu aƒe. “Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia anɔ agbe akpɔ nu siawo teƒe pɛpɛpɛ hafi aku. Eye togbɔ be dziƒo kple anyigba nu ava yi hã la, nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. “Mikpɔ nyuie be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ ɖea ame ene o. Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.” Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ me la, etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me, eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi le gbedoxɔ la me be yewoaɖo to eƒe nufiafia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/22-00a798dbd3c52a87ba33700f16d2640b.mp3?version_id=1613,"Azɔ Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Ŋutitotoŋkeke la te tu aƒe. Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo. Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me, ale wòyi nunɔlagãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti. Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu, eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me. Azɔ Ŋutitotoŋkekenyui si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le, eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi. Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu. Wobia be, “Afi ka nèdi be míayi aɖadzra ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me, eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be míbia wò be: Afi ka dzeƒe le, afi si nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le?’ Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.” Woyi dua me, eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi. Yesu kple nusrɔ̃la mamlɛawo va ɖo le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la me, eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu. Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitotoŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme. Elabena medi be mianya fifia be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.” Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe, eye ame sia ame nanoe. Elabena mele egblɔm na mi be nyemagano waintsetse aɖeke me tsi akpɔ o, va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la va.” Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.” Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, “Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me. Ke yonyememɔfiala ƒe asi le kplɔ̃a dzi kplim. Ele be Amegbetɔ Vi la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!” Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi wɔ ge. Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu. Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to, gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe. Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae. Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi. Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me, eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene. Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.” Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa bli ene. Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.” Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò, eye maku kpli wò gɔ̃ hã.” Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.” Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.” Eyi edzi be, “Azɔ la, mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee. Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome.’ Le nyateƒe me la, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.” Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.” Azɔ abe ale si Yesu wɔnɛ ɖaa ene la, edo go le dua me yi ɖe Amito la dzi. Eye eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome. Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.” Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko, eye wòdze klo do gbe ɖa be, “Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.” Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe, elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii. Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ. Yesu gblɔ na wo be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.” Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene. Gake Yesu biae be, “Yuda, nu ka ta nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Amegbetɔ Vi la asia?” Esi nusrɔ̃la mamlɛawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “Aƒetɔ, míwɔ avu kpli woa? Míetsɔ míaƒe yiawo ɖe asi!” Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na nunɔlagã ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome. Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene. Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã? Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.” Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna. Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum, eye Petro va nɔ wo dome le afi ma. Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.” Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu, nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!” Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.” Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elabena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.” Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Petro do go heyi ɖafa avi vevie. Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dze fewuɖuɖu le eŋu, eye wonɔ eƒom hã. Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.” Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ. Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee. Wogblɔ be, “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o, eye ne mebia nya aɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o. Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Amegbetɔ Vi la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime.” Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔm be Mawu Vie yenyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Miawoe le egblɔm be Nyee.” Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/23-e4eb9df26018eccc347389b921dfa894.mp3?version_id=1613,"Azɔ ha blibo la katã tso hekplɔ Yesu va Pilato gbɔ. Esi woɖo afi ma teti ko la, wode asi enutsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Kristo si nye fia si gbɔna la.” Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.” Pilato trɔ ɖe nunɔlagãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.” Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!” Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe, “Galileatɔ wònyea?” Ke esi wòse be Yesu tso Herod ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖe Herod, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me. Herod kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe, eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã, ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ dzesi aɖe yeakpɔ. Herod bia nya geɖewo Yesu, ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ. Herod kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene, eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. Tso gbe ma gbe la, Herod kple Pilato, ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo. Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui, eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dze sii kɔtɛe be ame sia medze agɔ aɖeke o. Herod hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o. Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo, eye maɖe asi le eŋu.” [ Azɔ ele na Pilato be wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi.] Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” (Barabas sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã.) Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu. Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!” Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka ta wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia, eye maɖe asi le eŋu, elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.” Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woaklã Yesu ɖe ati ŋu. Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi, eye wòtso kufia na Yesu. Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu. Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii. Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome. Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo. Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime woagblɔ be, ‘Woayra konɔwo kple dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena notsi kpɔ o la!’ Ekema “ ‘amegbetɔwo agblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi!” eye wogblɔ na togbɛwo be, “Mitsyɔ mía dzi!” ’ Megblɔ esia, elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?” Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii. Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoliƒe” la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame. Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae. Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã.” Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano, eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.” Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia. Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo hã le atitsoga la ŋue.” Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fɔbubu ma ke tea? Míawo ya tohehe sia dze mí, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.” Le ɣeyiɣi sia me la, eƒo ga wuieve lɔƒo, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. Ɣe ƒe keklẽ bu, eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve. Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo. Esi Romasrafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe, ale wòkafu Mawu gblɔ be, “Le nyateƒe me, ame sia medze agɔ aɖeke o.” Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom. Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu siwo dze eyome tso Galilea la tsi tsitre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm. Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe, ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o. Ewɔ esia le Fiɖagbe ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na Dzudzɔgbe ŋkekea ɖuɖu. Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo, eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo. Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua. Gake esi wowu ami ʋeʋĩwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Dzudzɔgbe ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LUK/24-9521156cbaf31cf0a15c588c6f9c46fd.mp3?version_id=1613,"Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to, gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o. Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome. Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome? Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be: ‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ” Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi. Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã. Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo. Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me. Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie. Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene. Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo. Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi. Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o.” Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu. Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe. Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.” Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?” Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo. Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me. Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ. Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?” Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo. Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!” Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo. Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.” Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole. Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.” Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa. Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ eɖum la, wonɔ ekpɔm! Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?” Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem. Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã. Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.” Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe. Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/1-de78bb48a7b46eddb3e25a2fa9cc80e2.mp3?version_id=1613,"Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me. Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti! Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe! Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi. Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene. Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa? “Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo, ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã. Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze. Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.” Le esia ta mafa avi ado ɣli; maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu. Maxlɔ̃ abe amegaxi ene, eye mafa konyi abe adzexe ene, elabena Yuda ka abi makumaku. Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke, va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã. Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o. Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe ke me le Bet Ofra. Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me; mi Zaanantɔwo miadzo o. Bet Ezel le konyi fam eya ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o. Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke, gake vevesese koe le wo lalam, elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va keke Yerusalem ƒe agbo nu. Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò. Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ. Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo. Mi ame siwo le Maresa, makplɔ aʋakɔ aƒu mi, woaɖu mia dzi, ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam. Lũ ta kolikoli nàfa konyi elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe. Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene, elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/2-a47360784f524e943eed3370537174e9.mp3?version_id=1613,"Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi. Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe. Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe; ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ. Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la, woxɔnɛ le esi. Ale mietea ŋu xɔa amea kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi, “Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o. Miate ŋu agazɔ dadatɔe o elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃. Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu, eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be: ‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo. Yehowa xɔe le asinye. Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’ ” Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o. Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be: “Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o elabena ŋukpe mava mía dzi o.” O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae? “Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea? Ɖe esiawo tso egbɔa? “Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa? Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe woƒe futɔ ene. Mieɖe awu xɔasiwo le ame siwo va le eme tsom le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene. Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ me la le woƒe aƒe nyuiwo me. Miexɔ nye yayra le wo viwo si tegbee. Mitso ne miadzo le afi sia, elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o; elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe, ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o. Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.” “O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene. Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/3-45886b852e188506414297d73dfae617.mp3?version_id=1613,"Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvu ayi le nye amewo ŋu ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti. Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.” Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti. Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o; viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o. Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi. Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.” Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃. Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe. Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi. Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.” Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/4-1e4dc83a870f04583f5e10a0d8fcfa91.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene. Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta eye amewo aƒo zi ɖe eŋu. Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava. Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o. Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe. Yehowa be, “Le ŋkeke ma dzi la, maƒo tekunɔwo, aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu. Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee. Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.” Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea? O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me. Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.” Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o, eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o. Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene. “Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/5-bf7d8e8514466f6a6ed3dc68bc470c91.mp3?version_id=1613,"O aʋawɔlawo ƒe du. Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu elabena futɔwo ɖe to ɖe mí. Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula. “Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.” Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me. Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti le xexea me godoo. Eyae anye woƒe ŋutifafa. Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto míaƒe mɔ sesẽwo me la, ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti kple kplɔla enyi be woakplɔ mí. Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi. Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene. Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo kple ame geɖewo dome abe dzata le lã wɔadã siwo le ave me kple dzatavi le alẽhawo dome ene. Dzatavi si le yiyim la, enyea avuzi hevuvua nu eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o. Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋuti eye àɖu wò ketɔwo katã dzi. Yehowa be: “Le gbe ma gbe la, matsrɔ̃ miaƒe sɔwo eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo Magbã wò duwo eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi. Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi eye màgasa gbesa azɔ o. Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo eye magbã wò legba siwo nèwɔ kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o. Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi eye magbã miaƒe duwo. Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/6-02a0f5cc2ac955e5acc684d3ac44c185.mp3?version_id=1613,"Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ: “Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. “Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu. “O, nye dukɔ, nu ka mewɔ wò? Fu ka meɖe na wò? Ɖo eŋu nam! Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi. Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak, ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi. Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.” Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume? Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa? Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã? O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò. Nu ka Yehowa di tso asiwò? Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me. “Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm. Ame si vɔa wò ŋkɔ la, nunyalae. Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa. O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea? Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua? Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa eye amebeble le aɖe dzi na wo. Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò, agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta. Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi. Àƒã nu, ke màŋe nu o; àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o; àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o. Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã. Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ eye wò amewo azu alɔmeɖenu; ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MIC/7-312970d9649d58b63977081402a467d8.mp3?version_id=1613,"Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o. Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi. Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o. Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia. Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna. Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ. Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o. Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o. Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa. Mele lalam na Mawu, nye Ɖela. Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã. O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o; togbɔ be medze anyi hã la, magafɔ ɖe tsitre! Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã, Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli. Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye. Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene. Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna. Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria kple Egipte ƒe duwo me ava eye ɖewo atso Egipte va se ɖe keke Frat tɔsisi la nu. Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa. Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta. O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti, alẽha si nye wò domenyinu; alẽha si nɔ eɖokui si le avewo me kple lãnyiƒe damawo dzi. Na woaɖu gbe damawo le Basan kple Gilead abe tsã ene. “Abe ale si wònɔ le ŋkeke siwo me nèdo go tso Egipte ene la, mafia wo nye nukunuwo.” Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi. Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi. Woaɖu ʋuʋudedi abe da kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene. Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃, atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu eye woavɔ̃ miawo hã. Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti. Àgakpɔ nublanui na mí, atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke! Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àkpɔ nublanui na Abraham abe ale si nèka atam na mía fofowo tso blema ke ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/1-0a2554b02b6482945a8f1f63cc039a4a.mp3?version_id=1613,"Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome. Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli. Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu. Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe. Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be: Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi. Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu. Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.” Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na ameawo be, “Mehiã kpeɖeŋutɔ! Mienye agba gã aɖe nam be nye ɖeka matsɔ, elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti? Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.” Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.” Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu. Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã. Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’ Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.” Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi. Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí. Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.” Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.” Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me. Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime. Wotsɔ afi ma ƒe kutsetse aɖewo gbɔe. Wotsɔ wo vɛ na mí eye wogblɔ be, “Míedze sii enumake be anyigba nyui aɖe ŋutɔe Yehowa, míaƒe Mawu la na mí.” Ke ameawo gbe be yewomayi anyigba la dzi o, eya ta wotsi tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ɖoɖo ŋuti. Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí. Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ” Ke megblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene. Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!” Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o, evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me. Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be, “Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.” Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o! Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ. Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi. Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe. Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’ ” Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ. Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma. Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o. Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/2-cdab9d208c670548d99b56d35076beb4.mp3?version_id=1613,"Míetrɔ, gbugbɔ to gbegbe la heɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ, elabena nenemae Yehowa ɖo nam. Míetsa tsaglalã le Seir to la gbɔ ƒe geɖewo. Mlɔeba la, Yehowa gblɔ nam be, “Mienɔ to sia ŋu wòdidi. Mitrɔ ɖo ta anyiehe lɔƒo. Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie. Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o. Mixe fe na wo ɖe woƒe nu si miaɖu kple woƒe tsi si ŋu dɔ miawɔ la ta.” Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o! Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la. Yehowa míaƒe Mawu de se na mí be, “Migaho aʋa ɖe Moabtɔwo hã ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo!” “Emitɔwo nɔ afi ma tsã. Wonye dukɔ gã aɖe, eye wodzɔ atsu abe Anak ƒe viwo ene. Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo. Horitɔwoe nɔ Seir tsã, ke Edomtɔwo, Esau ƒe dzidzimeviwo nya wo hexɔ wo teƒe abe ale si Israelviwo ava xɔ Kanaantɔwo, ame siwo ƒe anyigba Yehowa tsɔ na Israelviwo la teƒe ene. “Yehowa gblɔ be, ‘Mitso Zered tɔʋu la azɔ,’ eye míetsoe. “Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ- enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi. Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku. “Le esia megbe la, Yehowa gblɔ nam be, ‘Egbe la, Israelviwo ato Moab nyigba ƒe liƒo dzi le Ar, age ɖe Amonitɔwo ƒe anyigba dzi. Ke migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo.’ “Refaimtɔwo nɔ afi ma hã kpɔ. Amonitɔwo yɔ wo be Zanzumitɔwo. Wonye dukɔ gã sesẽ aɖe, eye wokɔ abe Anaktɔwo ene. Ke Yehowa tsrɔ̃ wo esime Amoritɔwo va anyigba la dzi, eye woxɔ wo teƒe. Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo. Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.” “Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me. Tso gbe ma gbe dzi la, mana anyigbadzitɔwo katã nade asi dzodzo me nyanyanya le mia vɔvɔ̃ kple miaƒe afi ma ɖoɖo ta.” “Tso Kedemot gbegbe la, meɖo ame dɔdɔwo ɖe Fia Sixɔn le Hesbon be míawɔ ŋutifafa kple eƒe amewo. Míebia be, ‘Na míato wò anyigba dzi ayi. Míanɔ mɔ gã la dzi ko; míage ɖe miaƒe agblewo me le ɖusime loo alo miame o. Míafi miaƒe nuɖuɖu ne míele eme tsom o, ke boŋ míaxe fe ɖe miaƒe nu si míaɖu kple miaƒe tsi si míano la ta. Nu si biam míele koe nye be míato wò anyigba dzi ayi.’ Edomtɔwo ɖe mɔ na mí le Seir míeto woƒe anyigba dzi. Moabtɔwo hã wɔ nenema ke na mi le Ar. Míele mɔ dzi be míatso Yɔdan, ayi anyigba si Yehowa míaƒe Mawu tsɔ na mí la dzi.” Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene. Azɔ la, Yehowa gblɔ nam be, “Medze Fia Sixɔn ƒe anyigba tsɔtsɔ na mi gɔme. Ne miexɔe la, azu Israelviwo tɔ tegbetegbe.” Eye Sixɔn kple eƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yahaz. Ke Yehowa, míaƒe Mawu la na míeɖu wo dzi, xɔ woƒe duwo katã. Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o, negbe woƒe nyiwo ko. Míetsɔ woƒe nyiwo abe míaƒe fetu ene kpe ɖe afunyinu siwo míelɔ tso woƒe du siwo míexɔ me la ŋu. Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí. Ke míegblẽ Amonitɔwo kple Yabok tɔsisi la kple du siwo le tonyigba la dzi kple teƒe siwo me Yehowa, míaƒe Mawu, de se na mí be míagage ɖo o la ɖi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/3-61896fc990ad5da1bb11335691284959.mp3?version_id=1613,"Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei. Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.” Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o. Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob. Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã. Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo. Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ. (Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.) Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei. (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.) Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo. Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.” Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene. Metsɔ Gilead na Makir ƒe hlɔ̃. Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina. Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu. Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ. Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.” Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo. Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.” Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be, “Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi? Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.” Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o, ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o. Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.” Míetsi bali la me le Bet Peor kasa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/4-2c2ecbbe16c4d7e6f34750f542fe83cd.mp3?version_id=1613,"“O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam. Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi. Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome. Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe. “Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi. Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’ Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene? Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene? Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome. “Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’ Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la. Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise. Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi. Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.” “Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o, alo wòɖi lã aɖe le anyigba dzi alo xevi dzodzoe aɖeke loo alo lã sue si ƒua du le anyigba alo tɔmelã o. Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o. Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe. Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o. Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi. Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu. Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu. “Ne mieva nɔ anyigba la dzi eteƒe didi, ne miedzi mia viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo to legbawo wɔwɔ me, eye Yehowa miaƒe Mawu la do dɔmedzoe ɖe mia ŋu kaɖikaɖi le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o. Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o. “Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo. Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ, elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.” “Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã. Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali! Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume. Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o. Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. “Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia. Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene. Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o! Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.” Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie. Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo. Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo, esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo. Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ kple Arabanyigba la katã, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe yi Dzeƒu la nu, le Pisga to la te." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/5-dbdaf40fb1966589e97363eac682ae93.mp3?version_id=1613,"Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be, Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi! Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ. Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi. Nya siwo wògblɔ la woe nye: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o. Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me, ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi. Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. Mègawu ame o. Mègawɔ ahasi o. Mègafi fi o. Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.” Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam. Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye, eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o. Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí. Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe? Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.” Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi. O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me! “Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me. Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.” Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ. Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/6-7aac835ffb0043723a86810d1d75043e.mp3?version_id=1613,"Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be matsɔ se siawo katã na mi, miawɔ ɖe wo dzi le anyigba si dzi yi ge miala fifia, eye mianɔ la dzi. Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ, eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene. O! Israel, ɖo to: Yehowa míaƒe Mawu la, Yehowa ɖeka koe. Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me. Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu, eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le wò aƒe me! Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò, du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o. Ne èɖi ƒo la, mègaŋlɔ Yehowa, wò Mawu la vɔvɔ̃ kple esubɔsubɔ be o. Wɔ eya ko ƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me. Mele be nàsubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wò la ƒe mawuwo o, elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume. Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o. Ele be nàwɔ eƒe sewo katã dzi. Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo. Hekpe ɖe esia ŋu la, ànya ame siwo le anyigba la dzi ɖa abe ale si Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ene. Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?” hã la, ele be nàgblɔ nɛ be, “Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo. Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí. Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene, elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/7-1b92dbc0b209470595e7f30c956eca06.mp3?version_id=1613,"Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o. Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko. Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo, elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia. Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome! Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi. Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume, eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo. Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi. Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi. Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi! Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò. Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?” Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia. Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃. “Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye. Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò. Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃. Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo. Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la. Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/8-b1b227798ddef17c43d967893ce975d8.mp3?version_id=1613,"“Ele be miawɔ ɖe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Ne miewɔ wo dzi la, miatsi agbe ɖeɖe ko o, ke boŋ miadzi sɔ gbɔ, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo. Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi. Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me. To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o. Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene. “Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le. Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi. Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me. Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta. “Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o. Ne mieɖu nu ɖi ƒo, nuwo dze edzi na mi, mietu xɔ nyuiwo, miaƒe lãwo dzi, eye miaƒe klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi la, ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o. Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me! Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi. Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi. Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo, abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/9-8d4ca1fce3260a8ae8bf902911d1f804.mp3?version_id=1613,"“O! Israel, see. Èle Yɔdan tɔsisi la tso ge egbe, eye nàde asi dukɔ siwo le tɔsisi la godo la nyanya me. Dukɔ mawo tri akɔ, eye wosẽ wu wò! Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã woƒe duwo. Anak ƒe viwo, ame siwo nye ame dzɔatsuwo, eye dukɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la le wo dome. Ke Yehowa, wò Mawu la anɔ ŋgɔ na wò abe dzo si fiaa nu ene be yeatsrɔ̃ wo ale be nàte ŋu aɖu wo dzi kaba, eye nànya wo ɖa le anyigba la dzi. “Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo. Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe. Megale egblɔm ake be, Yehowa, miaƒe Mawu la mele anyigba nyui sia tsɔm na mi le miaƒe nyonyo ta o, elabena mienyo o. Mienye dukɔ vɔ̃ɖi kple kɔlialiatɔwo.” Migaŋlɔ be o, ke boŋ miɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe na Yehowa, miaƒe Mawu la enuenu le gbedzi, tso gbe si gbe miedzo le Egipte va se ɖe fifia dzi. Miedze aglã ɖe eŋu le ɣeyiɣi siawo katã me. Mieɖo ŋku ale si miedo dɔmedzoe nɛ le Horeb to la gbɔ dzi oa? Enɔ klalo be yeatsrɔ̃ mi. Menɔ toa dzi ɣe ma ɣi, eye menɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi, si nye kpe siwo dzi wòŋlɔ seawo ɖo la xɔm. Menɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene. Nyemeɖu naneke le ɣeyiɣi ma katã me o. Nyemeno tsi gɔ̃ hã o. Yehowa tsɔ kpe kpakpa eve siwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam. Se siwo katã Yehowa de na mí le toa dzi to dzo me le miaƒe takpegbe la le wo dzi. Le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe kpakpa eveawo, nubabla ƒe kpe kpakpawo nam. Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae. Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mekpɔe be dukɔ sia nye ame kɔlialiatɔwo sɔŋ. Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.” Metrɔ gbɔ tso to bibi la dzi le esime melé kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ eƒe seawo ɖo la ɖe asi. Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ! Esia ta metsɔ kpe eveawo do ɖe dzi, eye mexlã wo ɖe anyi sesĩe! Megbã wo le mia ŋkume! Le esia megbe la, meganɔ Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene numaɖumaɖu, tsimanomano, elabena miewɔ nu si Yehowa lé fui wu nu sia nu, eye miena wòdo dɔmedzoe vevie ŋutɔ. Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã. Aron ɖo xaxa gã aɖe me, elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe eŋu ŋutɔ. Ke medo gbe ɖa, eye Yehowa kpɔ nublanui nɛ. Metsɔ miaƒe nu vɔ̃ si nye nyivi si miewɔ la, medee dzo me, tui memie wòzu ʋuʋudedi, eye metsɔ ʋuʋudedi la kɔ ɖe tɔʋu si dzɔ tso toa dzi la me. Miegado dɔmedzoe na Yehowa le Tabera, emegbe le Masa, eyome le Kibrot Hatava. Le Kades Barnea la, esi Yehowa gblɔ na mi be miage ɖe anyigba si wòtsɔ na mi dzi la, miedze aglã ɖe eŋuti, eye miexɔe se be akpe ɖe mia ŋu o. Miegbe toɖoɖoe. Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi, eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene mawo me esime Yehowa di be yeatsrɔ̃ mi. “Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ. Ɖo ŋku wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Yakob dzi. Mègaɖo ŋku ame siawo ƒe kɔlialia kple woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo dzi o. Ne menye nenema o la, dukɔ si me nèkplɔ mí do go tso la agblɔ be, ‘Esi Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi o, eye esi wòlé fu wo ta la, ekplɔ wo do goe be yeawu wo le gbedzi.’ Wò amewo kple wò domenyilawo wonye, ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple abɔ sesẽ la kplɔ tso Egipte.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/10-65655196116e25a0bb9745708ee43783.mp3?version_id=1613,"“Yehowa gblɔ nam ɣe ma ɣi be makpa kpe eve bubu abe gbãtɔwo ene, matsɔ ati akpa aɖaka aɖe si me woatsɔ kpe eveawo adzra ɖo la, eye matrɔ ava ye, Mawu gbɔ le toa dzi. Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me. Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi. Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te. Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene. “Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe. “Wozɔ mɔ yi Gudgoda heyi Yotbata, afi si tsi bɔ ɖo. Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene. Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu. Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o. “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ” “Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo, eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò? Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ. Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene, eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ. “Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o. Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo. Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ. Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi. Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ. Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/11-fdafe49cd1063255fa2a2ccae79924ab.mp3?version_id=1613,"“Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi. Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o. Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o. Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o! Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o. Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o! “Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe, eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe. Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’ Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o. Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye, anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me! “Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la, ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ. Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie. “Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o. Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi, eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu! Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu, ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi. “Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la, ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã! Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu. Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu. “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia. Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi, ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo. Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi! Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le. Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi. Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/12-722c635f46372b145f7e65c92b06df74.mp3?version_id=1613,"“Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi. “Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te. Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o. Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o, ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome. Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi. Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta. “Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o, elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi. Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la, ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene. Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o. “Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o; misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi. Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa. Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene. “Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o. Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me. Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi. “Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃. Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene. Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene, gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o. Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene. Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa. Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma. Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke. Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm. “Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi. Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o. Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me. “Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/13-cfba97f03ff1a5d9fa978aca547209d4.mp3?version_id=1613,"“Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me, ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la, migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu. “Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome. Ne nɔviwò ŋutsu, viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, srɔ̃wò lɔlɔ̃a, alo xɔwò vevitɔ kekeake si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene agblɔ na wò le adzame be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo (mawu siwo miawo ŋutɔ kple mia fofowo mienya o, dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la), migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o. Miwui! Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eye ame bubuawo katã ƒe asi akpe ɖe ŋuwò. Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ. Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o. “Ne miele du siwo Yehowa miaƒe Mawu na mi me, eye miese be yakame aɖewo tso miaƒe dukɔ me kplɔ miaƒe dumetɔ aɖewo trae be, ‘Woasubɔ mawu siwo miesubɔ kpɔ o’ la, miku nya la gɔme nyuie. Ne enye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi sia va eme la, ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu. Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o. Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene. Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/14-ea5278f888e231b542e792acaa4a02b5.mp3?version_id=1613,"“Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. “Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃, zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi. Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna. Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo. Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o. “Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃, doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe, akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe, golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe, ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi, aluge, akaga kple tsimese, damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro. “Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la. “Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” “Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ. Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me. Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la, ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la. Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo. “Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o. “Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me. Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/15-34f474824ca24410087ad690855cde14.mp3?version_id=1613,"“Le ƒe adrelia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, woate fli ɖe fe sia fe me. Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame. Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi. Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ. Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o! “Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o. Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e. Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la nɛ, eye mègafa konyi tso eŋu hã o! Elabena Yehowa wò Mawu ana nuwo nadze edzi na wò le nu sia ta! Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.” “Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ wò ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me. Mègana wòayi asi ƒuƒlu o! Do mɔe kple lã aɖewo tso wò lãha la me kple ami tso wò amiɖaƒe kple wain tso wò wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa wò Mawu ayra wòe la nu. Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi. “Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la, ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã. Ne èɖe asi le kluvi aɖe ŋu la, mègana wòave wò o, elabena ɖo ŋku edzi be kluvi ɖeka ma wɔ agbatedɔwɔla eve ƒe dɔ na ye le ƒe adeawo me! Yehowa, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã ɖe esi nèna ablɔɖe wò kluvi la ta!” “Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. Le esia teƒe la, ele be wò kple wò ƒometɔwo miaɖu lã siawo le Yehowa, wò Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la. Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe nɛ, eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ mɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa wò Mawu o, ke boŋ ɖui kple wò ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu lã sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o hã, abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene, gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/16-ed31778b2396f563ef8734452d93216b.mp3?version_id=1613,"“Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me. Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la. Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me! Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o, ke boŋ nàɖui le teƒe si Yehowa wò Mawu atia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Tsɔ lã la sa vɔe le afi ma le ŋkekenyui la ƒe fiẽ me ne ɣe ɖo to. Me lã la, eye nàɖui le afi si Yehowa wò Mawu atia na wò. Ɖo ta aƒe me le fɔŋli. Le ŋkeke ade siwo adze eyome me la, màɖu abolo ʋaʋã aɖeke o, ke le ŋkeke adrelia gbe la, du sia du me tɔwo akpe ta ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mègawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.” “Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la, àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu. Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eya ta kpɔ be yewɔ se sia dzi.” Ne nuŋeɣi wu nu la, àgaɖu ŋkekenyui bubu si nye Agbadɔmeŋkekenyui, ŋkeke adre sɔŋ, ne èklẽ wò bli, eye nèfia wò wain vɔ. Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me. Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe. Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Na nu abe ale si nàte ŋui ene le ale si Yehowa miaƒe Mawu yra wòe la nu. Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me. Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso. Ele be nàkpɔ egbɔ be wolé nya dzɔdzɔe ko ɖe te. Mɔ sia nu ko nàto hafi akpɔ dzidzedze le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Mègaɖi aƒeli aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa, wò Mawu la ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, aɖi gbɔ̃e gbeɖegbeɖe o, eye mègali aƒeli aɖeke hã o, elabena Yehowa miaƒe Mawu lé fu wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/17-6b612e421e4f1b865ecd6dd12c6eadeb.mp3?version_id=1613,"“Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene. “Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la, ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã. Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku. Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko. Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.” “Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe, na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me. Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui. Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ. Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome. Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.” “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’ Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o. Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’ Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o. “Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me. Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me. Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/18-33ca61ff6aaf85fee54cf569de946556.mp3?version_id=1613,"“Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii. Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo! Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo. Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti, elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime. “Ne Levitɔ aɖe tso miaƒe du aɖe me le Israel ƒe akpa sia akpa, afi si wòle koŋ, eye wòyi teƒe si Yehowa tia la nyateƒe me la, ate ŋu asubɔ le Yehowa, Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Levitɔ bubuawo katã siwo subɔna le afi ma le Yehowa ŋkume ene. Ele be woatsɔ vɔsanuwo kple nunana bubuawo nɛ, abe nu si dze be woatsɔ nɛ la ene, eye menye ne nu siawo le ehiãm la ko o.” “Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o. Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o. Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa. Ele be nàzɔ ale be fɔɖiɖi aɖeke manɔ wò zɔzɔme ŋu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume o.” Dukɔ siwo katã ƒe teƒe nàxɔ la ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo, ke Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ na wò ya be nàwɔ nu mawo o. Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo Israelviwo dome abe nye ene. Ele be nàɖo to ame sia, elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o. Yehowa gblɔ nam be, “Enyo; mawɔ wo biabia dzi na wo. Maɖo nyagblɔɖila aɖe na mi tso mia dome wòanye Israelvi abe wò ene. Magblɔ nu si wòagblɔ la nɛ, eye eyae anye nye nyasela kple nyagblɔla na ameawo. Nye ŋutɔ mahe to na ame sia ame si maɖo toe, awɔ nye nya si wòagblɔ nɛ la dzi o. Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.” Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?” Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/19-9cdd6b09d1d6a2cfe6c7031dd134a425.mp3?version_id=1613,"“Ne Yehowa, wò Mawu la tsrɔ̃ dukɔ siwo teƒe xɔ ge nàla, eye ne èle woƒe duwo kple aƒewo me la, ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò. Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma. “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie. Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o. Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò. “Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò. Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe. Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o. “Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la, eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui. Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi. “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.” “Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃. Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu vɔ̃ esime amea mewɔ nu vɔ̃ la o la, na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume. Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la, woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. “Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/20-ff96289302fe1daf048abe03fd892de4.mp3?version_id=1613,"“Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò. Hafi miakpe aʋa la, na nunɔla aɖe natsi tsitre ɖe Israelviwo ƒe aʋakɔ la ŋgɔ, eye wòagblɔ be, ‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o! Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’ “Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu! Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la! Ɖe mia dometɔ aɖe bia nyɔnu ta ŋkeke siawo mea? Ekema amea natrɔ ayi aƒe me, eye wòaɖe nyɔnu la. Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ŋutsu bubu aɖe sãa aɖe nyɔnu si ta wòbia. Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’ “Ne aʋakplɔlawo wu nya siawo gbɔgblɔ na ameawo nu la, woaɖe gbeƒã aʋafiawo ƒe ŋkɔwo.” “Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta. Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo. Ne wogbe be yewomawɔ ŋutifafa kple wò o la, ekema ele be nàɖe to ɖe dua. Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ du la de asi na wò la, ekema ele be nàwu ŋutsu ɖe sia ɖe le dua me, ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo. Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu. “Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe. Na woatsrɔ̃ Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ, abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene. “Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o. “Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o! Ke tso ati siwo ƒe kutsetsewo womeɖuna o la ƒu anyi; woatsɔ wo awɔ atrakpuiwo kple nu siwo ŋu dɔ nàwɔ le aʋa la wɔwɔ me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/21-527e2043937ca464914bc34c586574b5.mp3?version_id=1613,"“Ne mieva ɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye wofɔ ame aɖe si wowu da ɖe gbe me la ƒe kukua, eye ame aɖeke mekpɔ ame si wui o la, ekema ele be miaƒe ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nadzidze didime si le teƒea kple du siwo te ɖe teƒea ŋu la dome. Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la, ayi balime si tɔsisi aɖe to, eye womede agble ɖi kpɔ o. Woaŋe kɔ nyinɔe la le afi ma. “Nunɔlawo, ame siwo Yehowa, wò Mawu la tia be woawɔ dɔ le yeƒe ŋkume, ayra amewo, adrɔ̃ ʋɔnu, eye woahe to na amewo la nava klɔ asi ɖe nyinɔe la dzi, eye wòagblɔ be, ‘Menye míaƒe asiwoe kɔ ʋu sia ɖi o, eye míekpɔ hlɔ̃ sia dodo teƒe hã o. O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’ Ale nàɖe fɔɖiɖi sia ɖa le mia dome to Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me.” “Ne èyi aʋa, eye Yehowa, wò Mawu la na nèɖu futɔwo dzi, eye ne èkpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe le aʋaléleawo dome la, kplɔe yi wò aƒe me. Ele be wòaƒlɔ ta, aɖe fe, aɖe avɔ si wòta hafi wolée la da ɖi, ata avɔ bubu, eye wòanɔ wò aƒe me, afa fofoa kple dadaa ɣleti ɖeka blibo. Le esia megbe la, àte ŋu aɖee. Ke ne èɖee vɔ hafi va kpɔ be meganyo na ye o la, ele be nàna ablɔɖee. Mègadzrae o, eye mègawɔe wò ŋutɔ wò kluvi hã o, elabena ède asi eŋu xoxo.” “Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la, mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o. Ele na ŋutsu la be wòawɔ dukɔa ƒe sea dzi, eye wòatsɔ Via ŋutsu suetɔ ƒe domenyinu ƒe teƒe eve ana Via ŋutsu tsitsitɔ, elabena eyae nye eƒe ŋusẽ ƒe gɔmetoto, eye etɔe nye ŋgɔgbevinyenye ƒe viɖewo katã, togbɔ be eyae nye srɔ̃ si fofoa melɔ̃ o la ƒe ŋutsuvi gbãtɔ hã.” “Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la, ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ, agblɔ be, ‘Mía viŋutsu sia sẽa to, dzea aglã, eye mewɔa míaƒe gbe dzi o; gawu la, enye ame vlo kple ahanomunɔ.’ Ekema dua me tɔwo aƒu kpee wòaku. Ne miewɔ alea la, miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome, eye Israel ɖekakpuiwo katã ase nya si dzɔ eye vɔvɔ̃ aɖo wo. “Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la, mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/22-597650ad9b01affbed3fef67398aa0ce.mp3?version_id=1613,"“Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ. Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ. Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo. “Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu! “Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la. “Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o. Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta. “Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o. “Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo. “Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o. “Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o. “Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.” Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la, ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo. Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la, eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o. Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome. Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel. Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la, woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu. Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko. Womawu nyɔnu la ya o, elabena woate ŋu axɔe ase be edo ɣli, gake ame aɖeke menɔ gbedzi le dua godo axɔ nɛ o. Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la, ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o. Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ ade asi fofoa ƒe ahosi ŋu o, elabena fofoa srɔ̃e wònye kpɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/23-a046633ac259984599d39ead3f1faa03.mp3?version_id=1613,"“Ŋutsu si ƒe voku gbã alo ŋutsu si ƒe ŋutsu wolã la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. Ahasivi aɖeke ŋutɔ alo eƒe dzidzimevi siwo anɔ dzidzime gbãtɔ va se ɖe ewolia dzi me la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o. “Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o. Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí. Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí. Ŋkeke ale si miele agbe la, mele be miana kpekpeɖeŋu aɖeke Amoritɔwo kple Moabtɔwo akpɔ o. Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ. Egiptetɔwo ƒe dzidzimevi siwo va kpli mi la kpɔ mɔ age ɖe Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la.” “Ne mieyi aʋa la, ŋutsu siwo le asaɖa la me la mekpɔ mɔ awɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Ele be ŋutsu ɖe sia ɖe si gblẽ kɔ ɖo na eɖokui to ŋutsutsinyenye me le zã me la nado le asaɖa la me, anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to. Woawɔ afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo. Ele be sofi nanɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si. Ne ede afɔdzi la, ele be wòatsɔ sofi la, eye wòaku ke atsyɔ afɔdzi la dzi. Ele be asaɖa la me nanɔ kɔkɔe, elabena Yehowa miaƒe Mawu zɔna le mia dome be yeadzɔ mia ŋu, eye yeana miaƒe futɔwo nade ta agu na mi. Yehowa medi be yeakpɔ nu nyɔŋu aɖeke ne yeatrɔ adzo le mia gbɔ o.” “Ne kluvi aɖe si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ la, mègazi edzi be wòatrɔ ayi eƒe aƒetɔ gbɔ o. Na wòatsi mia dome le du si me wòadi be yeanɔ eye mègatee ɖe anyi o. “Ŋutsu alo nyɔnu si nye gbolo la mekpɔ mɔ anɔ Israelnyigba dzi o. Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la. “Mègaxɔ deme ɖe nu si nèdo na nɔviwò, Israelvi la ta o, eɖanye ga, nuɖuɖu alo nu bubu ɖe sia ɖe o. Ele be nàxɔ deme le amedzro si, gake menye le Israelvi aɖeke si o, elabena ne èxɔ deme le nɔviwò Israelvi si la, Yehowa, wò Mawu la mayra wò ne èɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o. “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃. Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o. Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na. “Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o. Se ma kee le bli hã ŋuti; àte ŋu atsɔ asi aŋe bli ʋɛ aɖewo, gake mègatsɔ nuŋehɛ aŋe hawòvi ƒe bli o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/24-a9630d94ba865e88f3b2a89f8fe4e328.mp3?version_id=1613,"“Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae. Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la, srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.” “Se meɖe mɔ be woaxɔ wɔtute abe awɔbanu ene o, elabena eyae nye dɔwɔnu si naa nuɖuɖu ame si tɔ wònye. Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome. “Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo. Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi. “Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o. Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. Ne amea da ahe, eye wòtsɔ eƒe avɔ na wò abe awɔbanu ene la, mele be nàtsyɔ avɔ la amlɔ anyie o. Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò. “Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o. Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.” “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta. “Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o. Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi. Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò. Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo. Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/25-1e5b1a212c9ca1e48961058073648eea.mp3?version_id=1613,"“Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsu eve dome la, ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ nya la na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye wòabu fɔ ame si tɔ medzɔ o. Ne ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ be ele be woaƒo agɔdzela la, ekema ana agɔdzela la namlɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume ati xexlẽme ale si dze na agɔdzedze la. Woaƒoe zi blaene ko, ke mawu nenema o. Ne woƒoe wu nenema la, tohehe la asẽ akpa, eye wòaɖi gbɔ̃ nɔviwò le wò ŋkume. “Mègade ga nu na nyitsu si le agble me le dɔ wɔm o.” “Ne ŋutsu aɖe nɔviŋutsu ku, eye vi aɖeke mele ame kuku la si o la, ahosi la mekpɔ mɔ aɖe srɔ̃ tso ƒome bubu me o, ke boŋ srɔ̃a kukua nɔviŋutsu naɖee, eye wòadɔ egbɔ. Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o. Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’ “Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la, ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’ Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’ “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye ɖeka srɔ̃ va de srɔ̃a dzi helé ŋutsu kemɛ ɖe asi na srɔ̃a la, ekema woalã nyɔnu la ƒe asi ɖa. Mègakpɔ nublanui nɛ o.” “Nudakpe eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede tututu o la, meganɔ kotoku me na wò o. Nenema ke dzidzeka eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede o la, meganɔ asiwò o. Ke boŋ wɔ nudakpe kple dzidzeka siwo de tututu la ko ŋu dɔ, ale be wò ŋkekewo nasɔ gbɔ le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. Ame siwo katã baa wo nɔviwo to nudanu kple dzidzeka mademadewo ŋu dɔ wɔwɔ me la nye ŋunyɔnu le Yehowa, wò Mawu ŋkume. “Mele be nàŋlɔ nu si Amalekitɔwo wɔ mi esi miegbɔna tso Egipte la be gbeɖegbeɖe o. Ɖo ŋku edzi be wowɔ aʋa kpli mi, eye wowu ame siwo ŋu ŋusẽ vɔ le, ame siwo ŋu ɖeɖi te kple ame siwo tsi megbe. Womesro Mawu ɖa alo vɔ̃e o, eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/26-01784305c46b0ab3ec917d57d0b35ae2.mp3?version_id=1613,"“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la, ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la. Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’ Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte. Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí. Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe. Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la, ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí. Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu vɛ na wò.’ Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu nɛ. Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me. “Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie. Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o. Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo hã o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam. Kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na mí abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ ”  “Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, wò Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi wò blibo. Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ. Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi. Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/27-d3782c5242bd227b69da9359e06aa6aa.mp3?version_id=1613,"Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi. “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo, eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene. “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo. Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o. Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi. “Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume. Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.” Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ, eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.” Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke. “Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo, eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo. Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be, “Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!” “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/28-c4b21c7527b9545b482e571a185cde21.mp3?version_id=1613,"“Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me, eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe. Woayra wò le du me kple agble me siaa. Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi. Woayra wò kusi kple wò amɔze. Woayra wò ne èva aƒe me kple ne èdo go. “Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò! Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene. Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku. “Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene. Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o. Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi. Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.” “Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò. Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò. Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu. Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu. Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go hã aɖi ŋuwò. “Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta. Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume. Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi. “Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò. Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ wò. “Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome. Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o. “Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o. Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò; àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o. “Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo. Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o. Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o. Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi. Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu. Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme. “Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe. Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe. “Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo. Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo. Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò gɔ̃ hã o. Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò. Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo. Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi, le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike! “Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta. Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò. Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta, Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii. “Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene. Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ. Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi. Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me. Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu. Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta. Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o. Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ. “Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la, ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi. Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi. Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi. Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o. Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi, elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o! Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ. Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o. Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta. Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/29-53d2da2cd0be61370258ee3432eac98c.mp3?version_id=1613,"Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi. Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte. Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo, gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o! Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o! Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm. Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi; míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene, eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi. Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã, vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea. Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me. Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene. Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o, ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã. Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi. Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika. Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene. Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi. Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi. Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi. Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene. Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?” Woagblɔ na wo be, “Elabena anyigba la dzi tɔwo gbe nubabla si Yehowa, woƒe tɔgbuiwo ƒe Mawu la wɔ kpli wo esi wòkplɔ wo dzoe le Egipte la dzi wɔwɔ, elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu. Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu. Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.” Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/30-169cdee7bf6ddc0fdae82738b4d60c02.mp3?version_id=1613,"“Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome, eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me. Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã. Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe. Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi. Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene. Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.” “Menye ɖe se siwo dem mele na mi egbea la dzi wɔwɔ mele miaƒe ŋutete me o, elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o. Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o. Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi. “Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu. Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi. Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la, ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o. “Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe! Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/31-d665d9abca2bca3a97ee550804e1e789.mp3?version_id=1613,"Esi Mose wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o. Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene. Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene. Yehowa atsɔ ame siwo le anyigba la dzi la ade asi na mi, eye miatsrɔ̃ wo abe ale si meɖo na mi ene. Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.” Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be, “Kpɔ ŋusẽ! Lé dzi ɖe ƒo, elabena wòe akplɔ ame siawo ayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo tɔgbuiwo la dzi. Kpɔ egbɔ be woxɔ anyigba la. Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.” Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã. Mose bia tso wo si be, “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, ɣeyiɣi si woɖo da ɖi be woatsɔ fewo ake, le Agbadɔmenɔŋkekenyui dzi, esime Israelviwo katã ado ɖe Yehowa, Mawu ŋkume le teƒe si eya ŋutɔ atia la, ele be nàxlẽ se siawo na Israelviwo katã woase.” Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi. Wɔ esia ale be miaƒe ɖevi sue siwo menya se siawo o la, woase wo, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkeke ale si mianɔ ŋugbedodonyigba la dzi.” Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume. Yehowa ɖe eɖokui fia wo le lilikpo gã aɖe me le agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me. Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’ Magbugbɔ le wo yome le woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ to mawu bubuwo subɔsubɔ me la ta. “Azɔ la, ŋlɔ ha sia ƒe nyawo da ɖi, eye nàfia Israelviwo abe nye nuxlɔ̃ame na wo ene. Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me, eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.” Ale Mose ŋlɔ ha la ƒe nyawo da ɖi, eye wòfia ha la Israelviwo. Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.” Esi Mose wu se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me ŋɔŋlɔ nu la, eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be, “Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe? Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu. Menya be le nye ku megbe la, miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo keŋkeŋ, eye miaɖe asi le Mawu kple eƒe seawo ŋu. Ale le ŋkeke siwo gbɔna me la, dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe mia dzi, elabena miawɔ nu si Yehowa gblɔ be enye nu vɔ̃, eye miado dɔmedzoe nɛ vevie.” Le esia megbe la, Mose gblɔ ha sia me nyawo katã na Israelviwo ƒe ha blibo la be:" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/32-07ca83fd97ce5a316418a356c61af3b3.mp3?version_id=1613,"Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba! Miɖo to nye nyawo! Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene. Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu! Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o. Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae. Meganye Mawu tɔ o. Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃. Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua? O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le. Ɖe menye Mawue nye fofowò oa? Menye eyae wɔ wò oa? Ɖe meɖo gɔwòme anyi, hena ŋusẽ wò oa? Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi! Bia fofowòwo kple amegãxoxowo, woagblɔ nya sia nya na wò. Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ. Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ! Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene. Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene! Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o. Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu ena anyitsii tso agakpe me amii tso kpenyigba me! Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ. Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu. Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta; eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta. Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o. Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu ŋlɔ be be Mawue wɔ ye. Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe. Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa; ènye dzidzime si liaa kɔ Mawudzixɔse mele mewò o. Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu. Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo. “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi matee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi. Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ nana agbe navɔ le eŋu. Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa, woavuvui kple aɖu. Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana la ɖe wo dome kple aɖi siamewo. Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo. Maka eƒe amewo ahlẽ ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o. Ke mebu eŋu hekpɔ be, Nye futɔwo aƒo adegbe be, ‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi; Menye Yehowae wɔ esia o!’ ” Israel nye abunɛdukɔ aɖe bometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ. O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu! Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o? Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe mele abe míaƒe Agakpe la ene o; gbedodoɖa na woƒe mawuwo nye nu dzodzro ko! Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo eye Gomora gblewo me wotso. Woƒe waintsetse nye aɖi, eye wo me tsi vena. Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo kple ƒli ƒe veve. Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ; metre enu abe kpe xɔasiwo ene ɖe nye nudzraɖoƒe. Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo! Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o. Ekema Mawu abia be, Afi ka woƒe mawuwo le? Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe? Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na kple lãmi kple wain le azɔ? Mina mawu siawo natsi tsitre, axɔ na wo! Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o. Zi ale si wònye nyee Nye Mawu gbagbe la la, Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe be manyre nye yi dadzo la, Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo ahe to na ame siwo lé fum. Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu nye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye. Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o; abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku. Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo, ehea to na eƒe amewo wulawo; ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwo etsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo. Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo. Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la, egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo. Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.” Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be, “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa. Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene, esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta. Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/33-09497ef989dfefeb4bd1e5fd435219b0.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku: “Yehowa va mía gbɔ le Sinai to la gbɔ; eɖiɖi ɖe mía dzi tso Seir to la dzi. Eklẽ tso Paran to la dzi ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe, dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime. Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me wole wò afɔtoƒe tom woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò. Wò se siwo mede na wo la, esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu. Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta. “Ruben anɔ agbe tegbee eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!” Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.” Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be: “Tsɔ wò Urim kple Tumim na wò ame kɔkɔe Levi. Èdo Levi kpɔ le Masa; nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ. Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã. Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi. O! Yehowa, yra Levitɔwo kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ siwo wowɔna na wò la ŋu. Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi na womagafɔ gbeɖe o.” Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye ele dedie le egbɔ Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe, ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be, “Yehowa nayra eƒe anyigba kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo kple esiwo tso anyigba ƒe tume. Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo tso esiwo ɣe nana wotsina la dome wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi, Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome. Ele abe nyitsuvi ene Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me. Eto dzo abe to ƒe dzowo ene; Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi. Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo kple Manase tɔ akpe akpewo.” Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be, “O! Zebulon, tso aseye le wò gododo ŋuti, eye Isaka, kpɔ dzidzɔ wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ. Woawoe akpe amewo be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo. Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.” Mose gblɔ tso Gad ŋu be, “Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo, Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene be yeavuvu abɔ kple ta. Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo na wo ɖokuiwo; wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo. Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.” Mose gblɔ tso Dan ŋu be, “Dan le abe dzatavi si le kpo tim tso Basan ene.” Egblɔ tso Naftali ŋu be: “O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ. Wò anyigba ɖo anyigbeme tso Galilea ƒu la nu.” Mose gblɔ tso Asar ŋu be: “Woayra Aser wu to bubuawo katã; wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo, amiti geɖewo amie na wò. Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me! Ame aɖeke mede Yehowa, Yesurun ƒe Mawu la nu o. Eɖiɖina tso dziƒo Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me be yeaxɔ na wò. Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe, eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te. Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò eyae gblɔ na mi be, ‘Mitsrɔ̃ wo!’ Ale Israel nɔa anyi dedie; le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo, eye tsi dzana tso dziƒo ɖo. Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ! Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe tso Yehowa gbɔ? Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe! Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la. Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò eye nànya avuzi le wo dzi!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DEU/34-72fb5f785caf21b2b0ba90b08cc797bf.mp3?version_id=1613,"Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la. Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa. “Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.” Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o. Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu. Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu. Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la, elabena ame aɖeke meɖe ŋusẽ triakɔ sia fia alo wɔ nu dziŋɔ siwo Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume kpɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/1-c9b260a5cc779c30fe5d12daaf227838.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo. Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la, nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?” Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.” Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be, “O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa. Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me. Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o. “Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: ‘Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome, ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.’ “Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye. O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.” Fia la ƒe ahakulae menye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/2-c736731f5ecb171826efef726dbaa7ba.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.” Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la, eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.” Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ. Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie. Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi. Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye. Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo. Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me. Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o. Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!” Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme. Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?” Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/3-d9f8226f72a3b3beadab8b1bfe10165a.mp3?version_id=1613,"Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ. Yerikotɔwo kple Zakur, Imri ƒe vi la, ƒe dɔwɔlawo kpe ɖe ameawo ŋu le dɔ la wɔwɔ me. Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi wogbugbɔ gli la ƒe akpa si kplɔe ɖo la ɖo, eye Mesulam, Berekia ƒe vi kple Mesezabel ƒe tɔgbuiyɔvi kple Zadok, Baana ƒe vi, hã woɖo gli la ƒe akpa bubuwo. Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o. Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo. Ame siwo wɔ dɔ ɖe wo yome la woe nye Melatia tso Gibeon, Yadon tso Meronot kple ŋutsu siwo tso Gibeon kple Mizpa; teƒe siawo katã le mɔmefia si le Frat Tɔsisi la godo la te. Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke. Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe. Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi. Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu. Salum, Halohes ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã evelia dziɖula la kple via nyɔnuwo dzra gli la ƒe akpa si le Dzokpomɔ la megbe ɖo. Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu. Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu. Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. Le eya megbe la, Azbuk ƒe vi, Nehemia, ame si nye Bet Zur nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ David ƒe yɔdokpewo gbɔ heyi Tsita si amewo ɖe kple Kalẽtɔwo ƒe Aƒe gbɔ ke. Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me. Ame siwo kplɔe ɖo la woe nye eƒe hlɔ̃metɔwo. Wowɔ dɔ le Bawai, Henadad ƒe vi, ame si nye Keila nuto la ƒe afã evelia dziɖula la ƒe dzikpɔkpɔ te. Dɔwɔla siwo kplɔ wo ɖo la nɔ Ezer, Yesua ƒe vi, Mizpa dziɖula ƒe kpɔkplɔ te. Wowɔ dɔ le gli la ŋu tso Aʋawɔnuxɔ la gbɔ le gli la ƒe dzogoe dzi. Emegbe la, Baruk, Zebai ƒe vi, ɖo gli la tso dzogoe la dzi yi Eliasib, nunɔlagã la, ƒe aƒe gbɔ. Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa. Ame siwo wɔ dɔ kplɔ wo ɖo la woe nye nunɔla siwo tso nuto siwo ƒo xlã wo la me. Benyamin, Hasub kple Azaria, Maaseya ƒe vi kple Anania ƒe tɔgbuiyɔvi woɖo gli la ƒe akpa siwo to woƒe aƒewo ŋu. Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi, eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo. Gbedoxɔmedɔwɔla siwo nɔ Ofel togbɛ dzi la, gbugbɔ gli la ɖo va ɖo Tsigbo ɣedzeƒetɔ la kple mɔ la ƒe xɔ tsrala gbɔ. Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la. Le Sɔgbo la tame, nunɔlawo ɖɔ gli si le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe ŋgɔ la ɖo. Zadok, Imer ƒe vi, hã gbugbɔ gli si le eƒe aƒe kasa la ɖo. Semaya, Sekania ƒe vi, Ɣedzeƒegbo la ŋudzɔla, kplɔe ɖo. Le esia yome Hananiya, Selemia ƒe vi, Hanun, Zalaf ƒe viŋutsu adelia kple Mesulam, Berekia ƒe vi woɖo gli la le woƒe aƒewo ŋu. Malkiya, sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka ɖo gli la va ɖo keke gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe nɔƒe kple asitsalawo ƒe takpeƒe le “Mustagbo” la ƒe akpa kemɛ heyi dziƒoxɔ la gbɔ le dzogoe la dzi. Sikaɖaŋuwɔla kple asitsala bubuawo wu gli la nu tso dzogoe ma dzi yi ɖatɔ Alẽgbo la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/4-017c5ca25b64a1e59a6a8b6d2a4aaa07.mp3?version_id=1613,"Esime Sanbalat se be míegbugbɔ gli la nɔ ɖoɖom la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Edzu mí, ɖu fewu le Yudatɔwo ŋu le xɔlɔ̃awo kple Samariatɔwo ƒe asrafoha la ŋkume be, “Nu ka Yudatɔ gblɔe siawo bu be yewole wɔwɔm? Ɖe wobu be yewoate ŋu agbugbɔ gli la aɖo le ŋkeke ɖeka me ne yewosa vɔ geɖewoa? Mikpɔ kpe ƒodzo siwo wole ɖeɖem le gli gbagbãwo me hegale wo ŋu dɔ wɔm ɖa!” Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!” Ale medo gbe ɖa na Mawu be, “Oo, Aƒetɔ mía Mawu, ɖo to mí, elabena wole fewu ɖum le mía ŋu. Na woƒe fewuɖuɖu natrɔ adze woawo ŋutɔ ƒe ta dzi, eye woaɖe aboyo wo ayi dzronyigba aɖe dzi. Mègaŋe aɖaba ƒu woƒe vodadawo dzi o, eye mègatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me o, elabena wodo vlo wò, to vlododo mí, ame siwo le wò gli la ɖom la me.” Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo. Ke esi Sanbalat kple Tobia kple Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kple Asdodtɔwo se be dɔa le edzi yim nyuie, eye wogbugbɔ gli la ƒe gbagbãƒewo le ɖoɖom la, wodo dɔmedzoe vevie. Woɖo be yewoatsɔ aʋakɔ aɖe aho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye yewoahe ʋunyaʋunya kple tɔtɔ vɛ. Ke míedo gbe ɖa na míaƒe Mawu, eye míedzɔ dua ŋu zã kple keli be míanɔ dedie. Ame siwo nɔ Yuda gblɔ be, “Ŋusẽ le vɔvɔm le dɔwɔlawo ŋu, eye gli gbagbã si woli kɔe la sɔ gbɔ ale gbegbe be míate ŋu agbugbɔ gli la aɖo o.” Gawu la, míaƒe futɔwo nɔ ta me ɖom be yewoadze mía dzi, awu mí ale be míaƒe dɔ la wɔwɔ natɔ. Tete Yudatɔ siwo nɔ wo dome la va gblɔ na mí zi ewo be, “Woatso teƒe vovovowo ava dze mía dzi.” Ale meda dzɔla siwo si yi, akplɔ kple dati nɔ la tso ƒome ɖe sia ɖe me ɖe gli la megbe le teƒe siwo gli gbagbãwo meli kɔ ɖo o. Mebu nu si le edzi yim la ŋuti nyuie, eye metsi tsitre gblɔ na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Migavɔ̃ na wo o. Miɖo ŋku Aƒetɔ si sẽ ŋu, eye ŋɔdzi le eŋuti la dzi ne miawɔ aʋa ɖe mia nɔviŋutsuwo, mia viŋutsuwo, mia vinyɔnuwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta.” Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi. Tso gbe ma gbe dzi la, dɔwɔlawo ƒe afã koe wɔa dɔ la, eye afã mamlɛa léa akplɔwo, akpoxɔnuwo, aŋutrɔwo kple lãnu bubuwo ɖe asi henɔa Yudatɔ, siwo le gli la ɖom la megbe. Ame siwo nɔ kɔ lɔm la hã wɔa dɔ kple asi ɖeka, eye woléa aʋawɔnu ɖe asi evelia. Ke ame siwo nɔ gli la ɖom ya ta yi ɖe ali hafi nɔ dɔ la wɔm. Ke kpẽkula ya nɔ nye axadzi. Meɖe eme na bubumeawo, dɔnunɔlawo kple ame haho la be, “Dɔ la keke ta, míema ɖe eŋuti ale mía dome didi tso mía nɔewo gbɔ le gli la ŋuti, eya ta ne mienya se kpẽa ƒe ɖiɖi ko la, miƒu du va mía gbɔ afii. Míaƒe Mawu la awɔ aʋa na mí!” Ale míeyi dɔ la wɔwɔ dzi; ŋutsu afã lé akplɔwo ɖe asi tso agudzeɣi va se ɖe esime ɣletiviwo nato. Megblɔ na ame siwo katã le gli la godo be woava Yerusalem du la me ale be woƒe subɔlawo nate ŋu adzɔ du la ŋu le zã me, eye woawɔ dɔ le ŋkeke me. Le ɣeyiɣi sia me la, mía dometɔ aɖeke, nye ŋutɔ kple nɔvinyewo kple subɔlawo kple duŋudzɔla siwo nɔ gbɔnye la, míeɖea awu ɖi o, eye aʋawɔnuwo nɔa mía ŋu ɣe sia ɣi ne míeyi tsinoƒe gɔ̃ hã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/5-f487636ed8b90458c73eb6a65574214d.mp3?version_id=1613,"Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu. Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.” Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.” Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.” Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!” Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie. Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo. Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o. Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa? Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi! Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.” Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o. Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi. Meʋuʋu nye awutoga hegblɔ na wo be, “Alea kee Mawu aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi o la, ado goe le eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpe ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu, eya ta nenem ƒe ame ma woatrɔe akɔ ɖi, eye woaɖi gbɔloe!” Esi megblɔ esia vɔ la, ame haho la katã xɔ ɖe edzi be, “Amen.” Wo katã wokafu Yehowa, eye ameawo wɔ abe ale si wodo ŋugbee ene. Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o. Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o. Mekpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu, eye nyemedi anyigba aɖeke be maƒle na ɖokuinye o. Mena nye kpeɖeŋutɔwo hã kpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu. Mewɔ esiawo katã togbɔ be menaa nuɖuɖu Yudatɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃ (150) gbe sia gbe kpe ɖe amedzro siwo tsoa anyigba bubuwo dzi ŋu hã. Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/6-82c44ec9c7abdb165cbc527a87a9953e.mp3?version_id=1613,"Esi Sanbalat kple Tobia kple Gesem, Arabiatɔ la kple míaƒe futɔ mamlɛawo se be, esusɔ vie ko míawu gli la ɖoɖo nu, eye gbagbãƒe aɖeke megasusɔ o, togbɔ be míede ʋɔtru agboawo nu o hã la, Sanbalat kple Gesem ɖo du ɖem be, “Va do go mí le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me le Ono tagba,” gake ɖe woɖo be yewoawɔ nuvevim, eya ta megblɔ ɖo ɖe wo be, “Mele dɔ gã aɖe wɔm! Nyemate ŋu aɖe asi le dɔ la ŋu ava o. Nu ka tae maɖe asi le dɔ la ŋu ava do go mi ɖo?” Woɖo du ma ke ɖem zi ene, eye nye hã meɖo ŋuɖoɖo ma ke ɖe wo ɣe sia ɣi. Ke zi atɔ̃lia la, Sanbalat ɖo eƒe dɔla ɖem kple gbedeasi ma ke, eye wòlé agbalẽ si nu wometre o la ɖe asi. Eme nyawoe nye: “Woɖe gbeƒã le dukɔwo dome be wò kple Yudatɔwo mieɖo be yewoadze aglã, eya ta miele gli la ɖɔm ɖo. Gesem ɖo kpe edzi be ele eme. Gawu la, le nya siwo gblɔm wole nu la, esusɔ vie woatsɔ wò aɖo woƒe fiae, eye kura gɔ̃ hã la, èɖo Nyagblɔɖilawo be woaɖe gbeƒã nya sia le Yerusalem be, ‘Fia le Yuda si!’ Azɔ la, nutsotso sia aɖo fia gbɔ, eya ta va, ne miade aɖaŋu.” Nye ŋuɖoɖoe nye, “Wò ŋutɔ ènya be alakpa sɔŋ ko dam yele, nyateƒe aɖeke kura mele nya blibo sia me o.” Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.” Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.” Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.” Gake meɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame abe nye ene masia? Alo ɖe ame abe nye ene mayi gbedoxɔ me be maɖe nye agbea? Gbeɖe, nyemayi o!” Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi. Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ. Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.” Míewu gli la ɖoɖo nu le ɣleti Elul ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia gbe le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve ƒe dɔwɔwɔ megbe. Esi míaƒe futɔwo kple dukɔ siwo ƒo xlã mí se be míegbugbɔ gli la ɖo vɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye dzi ɖe le wo ƒo, elabena wodze sii be míaƒe Mawu ƒe kpekpeɖeŋue na míete ŋu wu dɔ la nu. Le ŋkeke blaatɔ̃ vɔ eve siawo me la, agbalẽŋɔŋlɔ nɔ Tobia kple Yudatɔwo ƒe dunyahela kesinɔtɔwo dome. Eva eme alea elabena Yudatɔ geɖewo ka atam na Tobia le esi toa nye Sekania, Ara ƒe vi, eye via Yehohanan ɖe Mesulam, Berekia ƒe vi ƒe nyɔnuvi la ta. Gawu la, wo katã woɖia ɖase nam enuenu tso eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu, eye wotoa nya siwo katã megblɔna la hã nɛ. Ale Tobia ɖo agbalẽwo ɖa be wòatsɔ ado ŋɔdzi nam." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/7-53295b11add97cca9e0b3263034a42f4.mp3?version_id=1613,"Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo. Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu. Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me. Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye. Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana. Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale: Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172). Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372). Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652). Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818). Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845). Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760). Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648). Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628). Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322). Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667). Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067). Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655). Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98). Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328). Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324). Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112). Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95). Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188). Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42). Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743). Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621). Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122). Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123). Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52). Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320). Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345). Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721). Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930). Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973). Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052). Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247). Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017). Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74). Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (148). Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138). Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa, Tabaot, Keros, Sia, Paɖɔn, Lebana, Hagaba, Salmai, Hanan, Gidel, Gahar, Reaia, Rezin, Nekoda, Gazam, Uza, Pasea, Besai, Meunim, Nefuesim, Bakbuk, Hakufa, Harhur, Bazlut, Mehida, Harsa, Barkos, Sisera, Tema, Nezia kple Hatifa. Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye: Sotai, Soferet, Perida, Yaala, Darkon, Gidel, Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Amon. Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392). Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o. Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642). Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo. Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ. Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o. Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi. Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720). Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530). Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi (168) kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ (1,250). Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre. Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la," https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/8-1396ee241ea1a84e8fc7b3280940ca6d.mp3?version_id=1613,"wo katã wova ƒo ƒu ɖe ablɔ si dze ŋgɔ Tsigbo la me. Wogblɔ na agbalẽfiala Ezra be wòatsɔ Mose ƒe Segbalẽ, si Yehowa tsɔ na Israelviwo la vɛ. Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu. Exlẽe na wo kple ɣli tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to. Edze ŋgɔ ablɔ si le Tsigbo la ŋgɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la ŋkume. Ameawo katã wonɔ to dzi esime wònɔ Segbalẽ la xlẽm. Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame. Ezra ʋu agbalẽ la. Amewo katã ate ŋu akpɔe, elabena etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe, eye esi wòʋu agbalẽa la, ameawo katã tsi tsitre. Azɔ la, Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye ameawo katã gblɔ be, “Amen! Neva eme!” Wodo woƒe asiwo ɖe dziƒo, wobɔbɔ de ta agu, wotsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Yehowa. Yesua, Bani, Serebia, Yamin, Akub, Sabetai, Hodia, Maaseya, Kelita, Azaria, Yozabad, Hanan kple Pelaya, ame siwo nye Levitɔwo la, woxlẽ Se la na ameawo esi wonɔ tsitre ɖe afi ma. Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme. Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem. Nehemia gblɔ na wo be, “Miyi miaɖu nuɖuɖu nyui, miano aha vivi, eye miaɖo ɖe ɖe ame siwo mekpɔ naneke ɖa o. Esia nye ŋkeke kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la. Migaxa nu o, elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye miaƒe ŋusẽ.” Levitɔwo hã fa akɔ na ameawo be, “Miɖi ɖe eme, elabena egbee nye ŋkeke kɔkɔe. Migaxa nu o.” Ale ameawo kaka, woyi ɖadi ŋkekenyuinuwo ɖu, wono nu, eye woɖo nunanawo ɖe wo nɔewo kple hiãtɔwo. Enye dzidzɔŋkekenyui gã aɖe woɖu, elabena wokpɔ mɔnu se Mawu ƒe nya, eye wote ŋu se egɔme hã. Esi ŋu ke la, ƒometatɔwo, nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu, eye wona agbalẽfiala Ezra gaɖe Seawo me na wo tsitotsito. Wode dzesii le Seawo sɔsrɔ̃ me be, Yehowa de se to Mose dzi be, ele na Israelviwo be, woanɔ agbadɔwo me le Agbadɔmeŋkekenyuiwo me. Mawu gblɔ hã be, woaɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem hã be, “Miyi toawo dzi, eye miatso amiti, gbemiti, mirteti, deti kple gboti ƒe alɔwo atu agbadɔwo, eye mianɔ wo me abe ale si woŋlɔe ɖi ene.” Ale ameawo yi ɖatso atilɔawo hetu agbadɔwo ɖe gbadzaƒewo le xɔwo tame, ɖe xɔxɔnuwo, gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋgɔ kple ɖe gbadzaƒe si le Efraimgbo la ŋgɔ. Ame siwo katã trɔ tso aboyome la tu agbadɔwo, eye wonɔ wo me. Tso Yosua, Nun ƒe vi ƒe ŋkekewo me va se ɖe gbe ma gbe la, Israelviwo megaɖu azã sia kpɔ abe ale si woɖui gbe ma gbe ene o, eye woƒe dzidzɔkpɔkpɔ gbã go. Gbe sia gbe, tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Ezra xlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo. Woɖu azã la ŋkeke adre, eye abe ale si wòle Sea nue ene la, woyɔ takpekpe le ŋkeke enyia gbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/9-3416e6347017f5b143dad709108a2f2c.mp3?version_id=1613,"Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me. Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani. Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia. Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna. “Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham. Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla. “Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to. Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta. Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me. Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ. “Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo. Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi. “Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo. Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo. “Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o, togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu, ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me. Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o. Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o! “Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo. Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi. Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo! Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi. “Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo. Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe “Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me! Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi. Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye! “Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe. Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí. Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o. Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. “Ale míeganye kluviwo le afii, le anyigba si dzi nu nyuiwo bɔ ɖo fũu la dzi! Míeganye kluviwo le nu nyui gbogbo siawo dome! Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.” “Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/10-d7833f39aa3a6580d9ea5a4e47efc113.mp3?version_id=1613,"Ame siwo de asi nubabla sia te la woe nye: Nehemia, mɔmefia, Hakalia ƒe vi kple Zedekia, Seraya, Azaria, Yeremia, Pasur, Amaria, Malkiya, Hatus, Sebania, Maluk, Harim, Meremot, Obadia, Daniel, Gineton, Baruk, Mesulam, Abiya, Miyamin, Maazia, Bilgai kple Semaya. Ame siawo katã nye nunɔlawo. Levitɔ siwo de asi nubabla la te la woe nye: Yesua, Azania ƒe vi, Binui, Henadad ƒe vi, Kadmiel, Sebania, Hodia, Kelita, Pelaya, Hanan, Mika, Rehob, Hasabia, Zakur, Serebia, Sebania, Hodia, Bani kple Beninu. Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye: Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani, Buni, Azgad, Bebai, Adoniya, Bigvai, Adin, Ater, Hezekia, Azur, Hodia, Hasum, Bezai, Harif, Anatɔt, Nebai, Magpias, Mesulam, Hezir, Mesezabel, Zadok, Yaɖua, Pelatia, Hanan, Anaya, Hosea, Hananiya, Hasub, Halohes, Pilha, Sobek, Rehum, Hasabna, Maaseya, Ahiya, Hanan, Anan, Maluk, Harim kple Baana. Ame siawoe de asi nubabla la te ɖe dukɔ blibo la nu, elabena dukɔmeviwo, nunɔlawo, Levitɔwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple ame bubuawo katã, ame siwo srɔ̃wo, viŋutsuwo, vinyɔnuwo, ame siwo tsi ate ŋu ase nu gɔme la, ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi gbɔ ale be woasubɔ Mawu. Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi. “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míaɖe mɔ na mía vinyɔnuwo woaɖe amedzrowo o, eye nenema ke míaɖe mɔ mía viŋutsuwo hã naɖe wo vinyɔnuwo o. “Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me. “Míelɔ̃ ɖe edzi be míadzɔ nu ƒe sia ƒe na gbedoxɔ la, ale be ga nasɔ gbɔ ɣe sia ɣi hena mía Mawu la ƒe gbedoxɔ la dzikpɔkpɔ, elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me. “Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene. “Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me. “Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me. “Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si. Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la. Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/11-da8c028c7e3e1a96a4dcee8890747071.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi sia me la, Israel dukɔa kplɔlawo nɔ Yerusalem, Du Kɔkɔe la me. Ke azɔ la, woda akɔ be woatia ame siwo le du bubuawo me le Yuda kple Benyamin la ƒe ewolia be woawo hã nava nɔ Yerusalem. Ame aɖewo ʋu va Yerusalem le wo ɖokui si, eye wode bubu gã aɖe wo ŋu. Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda, le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem. Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe kplɔlawoe nye: Ataya, Uzia ƒe vi. Uzia fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Amaria, ame si fofoe nye Sefatia, ame si fofoe nye Mahalalel, ame si nye Perez ƒe dzidzimevi; Maaseya, Baruk ƒe vi, Baruk fofoe nye Kol Hoze, ame si fofoe nye Hazaya, ame si fofoe nye Adaya, ame si fofoe nye Yoyarib, ame si fofoe nye Zekaria, Silonitɔ la ƒe vi. Ame siawo nye Perez ƒe dzidzimevi dzɔatsu alafa ene kple blaade-vɔ-enyi (468) siwo nɔ Yerusalem. Benyamin ƒe to la ƒe kplɔlawoe nye: Salu, Mesulam ƒe vi. Mesulam fofoe nye Yoed, ame si fofoe nye Pedaya, Kolaya ƒe vi, ame si fofoe nye Maaseya, ame si fofoe nye Itiel, Yesaya ƒe vi. Gabai kple Salai ƒe dzidzimevi nye alafa asieke kple blaeve-vɔ-enyi (928). Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Kplɔla siwo tso nunɔlawo dome: Yedaia, Yoyarib ƒe vi, Yakin, Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã. Nunɔla alafa enyi kple blaeve-vɔ-eve (822) nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me le ame siawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Adaya, Yeroham vi, ame si nye Pelalya vi, ame si nye Amzi vi, ame si nye Zaharia vi, ame si nye Pasur vi, ame si nye Malkiya vi. Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve (242); Amasai, Azarel ƒe vi, Ahzai ƒe vi, Mesilemɔt ƒe vi, Imer ƒe vi si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Woƒe amegãe nye Zabdiel, Hagedolim ƒe vi. Levitɔwo ƒe kplɔlawoe nye: Semaya, Hashub ƒe vi. Hashub fofoe nye Azrikam, ame si fofoe nye Hasabia, Buni ƒe vi; Sabetai kple Yozabad, ame siwo kpɔa dɔwɔlawo le gbedoxɔa godo dzi; Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi. Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la nɔ ame alafa eve kple blaenyi-vɔ-ene (284). Agbonudzɔlawo: Akub, Talmon kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo dzɔa agboawo nu le ŋutsu alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (172). Israelvi mamlɛawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kaka ɖe Yuda duwo me, ame sia ame nɔ eƒe ƒomenyigba dzi. Ke gbedoxɔmedɔwɔlawo katã, ame siwo ƒe kplɔlawoe nye Ziha kple Gispa la nɔ Ofel. Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me. Hadzila siawo nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te, ame si wɔa ɖoɖo ɖe woƒe gbe sia gbe ƒe wɔnawo ŋu. Petahia, Mesezabel ƒe vi, ame si dzɔ tso Zera, Yuda ƒe vi me la naa kpekpeɖeŋu le dua dzi ɖuɖu ƒe nyawo katã me. Yuda ƒe vi siwo nɔ kɔƒewo me le agblewo me la nɔ Kiriat Arba, Dibon kple Yekabzeel kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la. Yesua, Molada, Bet Pelet, Hazar Sual, Beerseba kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo, Ziklag; Mekona kple woƒe kɔƒewo, Enrimɔn, Zora, Yarmut, Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to. Benyamin ƒe dzidzimeviwo tso Geba nɔ Mikmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo, Anatɔt, Nɔb, Anania, Hazor, Rama, Gitaim, Hadid, Zeboim, Nebalat, Lod, Ono kple Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Balime. Woɖo Levitɔ aɖewo, ame siwo nɔ Yuda la ɖa be woanɔ Benyamin ƒe viwo gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/12-c41984c3b9f290a9bb4190b331f10274.mp3?version_id=1613,"Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye: Seraya, Yeremia, Ezra, Amaria, Maluk, Hatus, Sekania, Rehum, Meremot, Ido, Gineton, Abiya, Miyamin, Madia, Bilga, Semaya, Yoyarib, Yedaia, Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia. Ame siawoe nye nunɔlawo ƒe kplɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo le Yesua ƒe ɣeyiɣiwo me. Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me. Yesua nye Yoyakim fofo, Yoyakim nye Eliasib fofo, Eliasib nye Yoiada fofo, Yoiada nye Yonatan fofo, Yonatan nye Yaɖua fofo, Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye: Meraya si nye Seraya ƒe ƒomea ƒe tatɔ, Hananiya nye Yeremia ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ, Yehohanan nye Amaria ƒomea ƒe tatɔ, Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ, Yosef nye Sebania ƒomea ƒe tatɔ, Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ, Helkai nye Meremot ƒomea ƒe tatɔ, Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ, Mesulam nye Gineton ƒomea ƒe tatɔ, Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ, Piltain nye Moadia ƒomea kple Miniamin ƒomea ƒe tatɔ, Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ, Yehonatan nye Semaya ƒomea ƒe tatɔ, Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ, Uzi nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ, Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ, Eber nye Amok ƒomea ƒe tatɔ, Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ, Netanel nye Yedaia ƒomea ƒe tatɔ. Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli. Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi. Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene. Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub. Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala. Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo. Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ. Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu. Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ. Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome, kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam, Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu. Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi, kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la. Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo. Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ, heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ. Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã kple nunɔla siawo: Eliakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zekaria kple Hananiya kple woƒe kpẽwo, eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te. Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke! Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu. Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli. Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NEH/13-dcfb8bbc3e686ec560bd0b9c330b2a77.mp3?version_id=1613,"Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o, elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra. Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome. Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la, trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ. Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala, eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la, medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe. Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me. Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me. Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me. Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me. Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o. Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti. Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi. Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la? Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!” Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o. Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo, ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi. Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu. Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab, eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o. Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o. Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me. Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?” Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me. O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla. Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ. Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/1-62d826771c23253e753bddc6829a6b32.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be, “Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene. “ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu. Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu. Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu. Ele nɛ be wòako numevɔsalã la eye wòaflii. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woaɖo nake ɖe dzo la dzi. Ekema Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo, atsɔ lãkɔwo, eƒe ta kple ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu. “ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la. Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo. Ekema amea afli lã la, eye nunɔla la atsɔ lãkɔawo, lã la ƒe ta kple eƒe ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi. Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa. “ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi. Nunɔla la atsɔ xevi la ayi vɔsamlekpui la gbɔ, atro kɔ le enu, ana eƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi le vɔsamlekpui la ƒe axadzi, eye woame lã la le vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la. Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/2-69a2386982c78971c5fa0ebfd9e8e221.mp3?version_id=1613,"“ ‘Ame si di be yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la atsɔ wɔ memee, akɔ ami kple dzudzɔdotike ɖe edzi, eye wòatsɔe ana Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo. Nunɔla la aɖe wɔ memee la kple ami la ƒe asiʋlo ɖeka akpe ɖe dzudzɔdonuawo katã ŋuti, eye wòafiae abe ŋkuɖodzinu ene le vɔsamlekpui la dzi, wòanye numevɔsa, ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu. Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. “ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene. Ne woatɔ nane kple ami atsɔ ana abe nuɖuvɔsa ene la, woatsɔ wɔ memee maʋamaʋã atɔe. Woaflii kakɛkakɛ, eye woakɔ ami ɖe edzi. Esia hã nye nuɖuvɔsa aɖe. Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si woɖa la, woaɖae kple wɔ memee, eye woakɔ ami ɖe edzi. Ne wò nuɖuvɔsa nye nu si wome le kpo me, tɔ alo mee le dzo dzi la, ele be nàtsɔ nuɖuvɔsa la ayi na nunɔla, eye eya atsɔe ayi vɔsamlekpui la dzi, eye eya atsɔe ana Yehowa. Nunɔlaa atɔ dzo vɔsanu la ƒe akpa aɖe ko, ke Yehowa akpɔ ŋudzedze le vɔsanu blibo la ŋuti. Vɔsanu mamlɛa nye Aron kple viawo tɔ, ke woabu wo katã abe numevɔsa kɔkɔe na Yehowa ene. “ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o. Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o. Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me. “ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ. Kɔ ami ɖe edzi, eye nàkpe dzudzɔdonu ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae. Ekema nunɔla la atɔ dzo bli gbagbã la kple amia ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã abe dzovɔsa ene na Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/3-735666fe726ba6800118c10e906ca3cb.mp3?version_id=1613,"“ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa. Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu. Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le lã la ƒe ali gbɔ kple esi le aklã la ŋu; aɖewo kple ayikuawo. Nunɔlaawo atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi hekpe ɖe numevɔsa la ŋu. Nuɖuvɔsa sia anye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. “ ‘Ne wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ sa akpedavɔe na Yehowa la, ele be wòade blibo; ate ŋu anye agbo alo alẽnɔ, gbɔ̃tsu alo gbɔ̃nɔ. Nenye alẽvie wòatsɔ vɛ la, ele be wòatsɔe ava Yehowa ŋkume. Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu. Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple aklã. Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ gbɔ̃ vɛ be yeasa vɔ na Yehowa la, atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu, eye wòatɔ dzo ami si le dɔ me nɛ kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu te ɖe lã la ƒe ali ŋu kple ami si le lã la ƒe aklã ŋu la, esi woaɖe ɖa kple ayikuawo. Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ. Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/4-3467f05558b60482cf6683c905079b9e.mp3?version_id=1613,"Yehowa gade se siawo na Mose: “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu. “ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume. Ekema nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume. Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, nunɔla la aɖe ami le nyitsua ƒe dɔmenuawo, ayiku eveawo kple aklã la ŋu, eye wòatɔ dzo wo ɖe numevɔsamlekpui la dzi abe ale si wotsɔa nyitsu alo nyinɔ sãa akpedavɔ ene tututu. Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu, kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi. “ ‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ. Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ. Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume. Nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume. Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Woaɖe eƒe ami ɖe sia ɖe, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Woawɔ nu siwo katã wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsasa me. Ale nunɔla la alé avu ɖe dukɔ la nu, eye Mawu atsɔ nu vɔ̃ la ake ame sia ame. Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta. “ ‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o, ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene. Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ne dukɔmevi aɖe da le Yehowa ƒe sewo dzi, gake menya be yewɔ nu vɔ̃ o la, eɖi fɔ. Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta. Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui. Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. “ ‘Ke ne edi be yeasa vɔ la kple alẽ la, ekema ele be wòanye alẽnɔ si de blibo. Akplɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã ene. Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/5-22dc517140afee7a38799e78fa9ec842.mp3?version_id=1613,"“ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃. “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã. Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ. Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ. Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me, eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o. “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa. Nunɔla la atsɔ xevi eveawo dometɔ si wotsɔ nɛ gbã la, asa nu vɔ̃ vɔsae. Atro kɔ le xevi la nu, gake mana eƒe kɔ naɖe le enu o. Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Nunɔla la atsɔ xevi evelia awɔ numevɔsae to mɔ siwo woɖo da ɖi la dzi. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu le eƒe nu vɔ̃ ta, eye Mawu atsɔe akee. “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae. Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa. Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee. “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ. Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee. Ele be wòatsɔe ana abe fɔɖivɔsa ene, elabena eɖi fɔ le Yehowa ŋkume.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/6-ba2398657a6f4c68663dd179c978e361.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi. Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe, ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.” Yehowa gagblɔ na Mose be, “De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la. Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo. Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ” “Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume. Nunɔla la aɖe wɔ memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa tɔ ene tso nu si wotsɔ vɛ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ gã. Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene. Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ. Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe vɛ na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o.” Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo. “Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aka asi lã la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe. Ekema woagbã ze si me wonya awu la le. Ne enye akɔblizee la, woaklɔe nyuie. Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ mɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye. Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/7-11c3b599112bb48c0e87f9472dbb0a78.mp3?version_id=1613,"“Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye. “Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo. Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike, ami si le dɔmenuwo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa. Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye. “Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu. Nenye numevɔsae la, ekema woatsɔ lã la ƒe agbalẽ hã ana nunɔla la. Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me. Nuɖuvɔsa bubuawo katã, ne wode ami wo, alo womede ami wo o hã, anye Aron ƒe viŋutsuwo katã tɔ. “Esiawoe nye akpedavɔsa tɔxɛwo na Yehowa ŋu sewo: “Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu. Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ. Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu. Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o. “Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke. Woatɔ dzo vɔsanu si asusɔ va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la. Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ. “ ‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu. Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ. Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ” Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “De se na Israelviwo be, ‘Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami o, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o. Miate ŋu awɔ lã si lé dɔ heku alo lã si lã wɔadã aɖe wu la ƒe ami ŋu dɔ le mɔ bubuwo nu, gake mimaɖui gbeɖegbeɖe o. Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me. Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o. Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’ ” Yehowa gagblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ. Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa. Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ. Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la. Aron ƒe viŋutsu si atsɔ akpedavɔsalã la ƒe ʋu kple ami ana la axɔ lã la ƒe ɖusita, elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.” Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo, elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime. Esiawoe nye se siwo ku ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa kple esiwo ku ɖe ameŋutikɔvɔsa kple akpedavɔsa ŋu. Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/8-86d5732c43a42908d07b2ecf6e1e8ce3.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le, eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.” Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.” Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo, eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron. Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me. Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene. Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti. Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu. Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu. Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ. Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo. Efli agbo la, eye wòtɔ dzo lãkɔ la, eƒe ta kple eƒe ami. Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ. Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi. Mose wui, eye wòsisi ʋua ɖe Aron ƒe nuɖusito, eƒe asi ƒe adegblefetsu ɖusitɔ kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu. Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Mose tsɔ agbo la ƒe ami, asike la, ami si le dɔmenuwo ŋu, aklã kple ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpe ɖe eƒe ɖusita ŋu. Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka. Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene. Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu. Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene. Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ. Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene. Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo. “Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ. Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ. Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.” Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/9-05723d5bc9520e5bfb284edaf227f2ad.mp3?version_id=1613,"Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo, eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume. Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa. Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.” Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume. Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.” Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene. Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta. Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo. Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene. Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene. Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde nɛ la nu. Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã. Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene. Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi. Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la, eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/10-cdf449724ca8b6f0a88e513df22607fe.mp3?version_id=1613,"Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o, eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume. Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo. Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.” Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene. Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve, Eleaza kple Itamar be, “Migafa ame kukuawo o, eye migagblẽ miaƒe ɖa ɖi mavumavui abe konyifafa ƒe dzesi ene o; migadze miaƒe awuwo hã o. Ne miewɔ nu siawo la, eƒe dziku abi ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Ke Israelvi bubuawo ya ate ŋu afa avi na Nadab kple Abihu le dzo dziŋɔ si Yehowa ɖo ɖa la ta. Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi. Yehowa gblɔ na Aron bena, “Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna. Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome, eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.” Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe, eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam. Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me. “Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.” Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu. Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome? Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.” Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?” Esi Mose se nya siawo la, eƒe dzi dze eme." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/11-93387cc42dd1cd1723b0839638ec214e.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu. Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna. “ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi. Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi. Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. “ ‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me. Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi. Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi. “ ‘Xe siawo nanyɔ ŋu na mi, eye miaɖu wo o, elabena wonye ŋunyɔnuwo: hɔ̃, akaga, akpo, aʋako dzĩtɔwo kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovovoawo, adzexe si to dzo ɖe ta, adzexe ŋutɔ, golo, tsalɛ̃, aʋako, ʋlukuku, tsimese, kple aŋɔɣi, favieʋuto, aluge kple akaga, damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. “ ‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi. Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba. Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã. Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o. “ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene. “ ‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ. Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu. “ ‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo, xɔmenyatri, ve, adoglo, atɔ kple agama. Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ. Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la. Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o. Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe. Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o. Ne nu kukua ka nuku aɖe si ƒã ge wole ŋu la, nuku la mezu nuku makɔmakɔ o. Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o. “ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o. Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri. Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka wo ŋu me o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o. Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu. Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/12-79b0071453dfafe7c54dfb045ace600b.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ele be woatso aʋa na ɖevia le ŋkeke enyia gbe. Ekema le ŋkeke blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ siwo akplɔe ɖo, le ale si eŋuti mekɔ haɖe o ta la, maka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋuti o, eye made Agbadɔ me hã o. Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm. “ ‘Ne nyɔnu la ƒe ŋutikɔkɔ ƒe ɣeyiɣi de la, ne via nye ŋutsuvi loo alo nyɔnuvi hã la, ele na nyɔnu la be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wòana ahɔnɛ alo akpakpa ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Atsɔ nu siawo ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu, nunɔla la asa vɔ na Yehowa, eye wòalé avu ɖe enu. Ekema eŋuti akɔ azɔ le ʋu si do le eŋu to vidzidzi me la megbe. “ ‘Esiawoe nye nu siwo wòle be woawɔ le vidzidzi megbe. Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/13-56acd9e72b510b61eb00820efc6376bf.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ. Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o. Ke ne teƒe si fu kpii la menye ɖe eme vie o, eye fu si le teƒea mefu o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea gbe la, nunɔla la agadoe akpɔ. Ne teƒea metrɔ o, eye megakeke ɖe edzi hã o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre bubu. Nunɔla la agadoe akpɔ le ŋkeke adre evelia gbe. Ne dɔléle la dzi ka ɖe, eye teƒea megakeke ɖe edzi o la, ekema nunɔla la atso nya me be amea ŋuti kɔ, dzi koe ƒo ɖe eŋu. Nu si amea awɔ la koe nye wòanya eƒe awuwo, eye eƒe ŋuti akɔ, gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ. Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze. “Ne ame aɖe dze ŋutigbalẽdɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu la, woakplɔe ayi nunɔla gbɔe. Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la, ekema eme kɔ ƒãa be anyie, eye nunɔla la naɖe gbeƒã be eŋu mekɔ o. Mele be woagatu amea ɖe xɔ me be woagalé ŋku ɖe eŋu o, elabena eme kɔ ƒãa be edze dɔ la. “Ke ne nunɔla la kpɔ be kpodɔ la xɔ ŋuti katã na amea, tso eƒe tame yi eƒe afɔ gbɔ, kple afi sia afi si wòakpɔ ɖa le la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, nenye be eŋuti katã fu kpii la, ekema eŋuti kɔ le se la nu. Ke ne eƒe ŋutilã ƒe teƒe aɖe ƒlɔ la, ekema efia be edze kpodɔ. Nunɔla la agalé ŋku ɖe eŋu, eye ne ekpɔ be eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe ƒlɔ la, ekema aɖe gbeƒã be ame la dze kpodɔ. Ŋutilã ƒe ƒɔƒlɔ fia be amea le kpodɔ lém, eya ta eŋuti mekɔ o. Gake ne ŋutilã ƒe akpa si ƒlɔ la ɖɔ ɖo, eye wòle abe ŋutilãa ƒe akpa bubuawo ene la, ame la atrɔ ayi ɖe nunɔla la gbɔ, eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ. “Ne ƒoƒoe ƒo ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, wòɖi tsi vɔ, eye le teƒe si ƒoƒoe la ƒo nɛ nu ƒoƒoe wuliwuli aɖewo ƒo ɖi esiwo le ɣie alo le nu dzĩ kple nu ɣi dome la, ele nɛ be wòatsɔ eɖokui afia nunɔlaa. Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe. Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre. Ne teƒea keke ɖe edzi le ŋkeke adre mawo me la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, ezu kpodɔléla. Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ. “Ne dzo me ame aɖe ƒe ŋutigbalẽ, eye emegbe teƒea biã loo alo le biabiã kple fufu dome alo fu kpii le teƒe si dzoa me na amea la, ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi. Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, teƒea ƒe biabia metso amea ƒe lãme ke o, eye eƒe amadede dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema nunɔla la atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋu mekɔ o, edze kpodɔ. Ke ne teƒe biabiã la medze le teƒe bubu aɖeke loo alo keke ɖe edzi o, eye eƒe biabiã dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema wòanya be dzobi la ƒe abiteƒe koe. Ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ, dzobi la teƒe koe ɖi atse. “Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe dze abi ɖe ta alo glã la, nunɔla alé ŋku ɖe abi la ŋu. Ne abi la teƒe dze abe ɖe wòde eme wu amea ƒe ŋutilã, ɖa si le afi ma ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene, eye wòle belie la, nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋuti mekɔ o; enye ta alo glã ƒe dɔléle. Ke ne nunɔla la kpɔ be ŋutigbalẽ la ŋuti ko abi la dzɔ tso, eye ɖa yibɔ le abia me la, ekema atui ɖe xɔ me ŋkeke adre, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, ne fu si le afi ma ƒe amadede meɖi aŋuti ɖiɖi tɔ o, eye ne medze be dɔléle aɖee tso eƒe lãme ke o la, ekema nunɔla la aƒlɔ ɖa, aƒo xlã teƒe la, ke menye le teƒea ŋutɔ o. Nunɔla la agatui ɖe xɔ me ŋkeke adre bubu, eye wòagadoe kpɔ le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la mekeke ɖe edzi o, eye medze abe dɔléle la tso ŋutigbalẽ la te o ene la, ekema nunɔla la atso nya me be medze kpodɔ o. Ekema ne enya eƒe awuwo ko la, eŋuti kɔ. Ke ne teƒe la de asi keke me ɖe edzi emegbe la, ekema nunɔla la agadoe kpɔ, eye magalala be yeakpɔ be ɖa ƒe amadede trɔ ɖi aŋuti ɖiɖi hafi wòatso nya me be amea dze kpodɔ o. Gake ne edze be teƒe la megale kekem ɖe edzi o, eye ɖa yibɔ le teƒea la, ekema dɔléle la nu tso, amea menye kpodɔléla o, eya ta nunɔla la atso nya me be eƒe ŋuti kɔ. “Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo fu kpii, eye teƒe la ƒe fufu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la, ekema amea medze anyi o, ke boŋ dɔléle aɖe koe ƒo ɖe eŋu. “Womatsɔ ame aɖeke ƒe ɖa ƒe bebe le ta nɛ abe anyidzedze ene o! Ne ɖa vɔ le ame aɖe ƒe ŋgonu la, ekema amea ƒe ŋgoe kpã: esia menye anyidzedze o. Ke ne teƒe aɖe le biabiã kple fufu dome le ta kpakpã la teƒe la, ekema anye kpodɔ dzem wòle. Ekema nunɔla la adoe akpɔ. Ne teƒe la le kpokploo, mebiã tututu o, eye mefu tututu abe kpodɔ ƒe dzesi ene o hã la, ekema nunɔla la atso nya me be amea dze kpodɔ. “Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’ Ŋkeke ale si dɔléle la le eŋu ko la, eŋuti mekɔ o. Ele be wòanɔ asaɖa la godo.” “Ne nane dze le nudodo alo nutata aɖe me, eɖanye lãfu tɔ alo ɖeti tɔ, alo nu si wolɔ̃ kple ɖeti alo lãfu, eye aŋgbamu alo ama dzĩ teƒe aɖe le eme la, anye kpodɔ. Ekema woatsɔ nu la ayi na nunɔla wòadoe akpɔ. Nunɔla la atsɔ nu la adzra ɖo ŋkeke adre, eye wòagalé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe. Ne teƒe la keke ɖe edzi la, ekema kpodɔ si woate ŋu axɔ lae. Ekema ele be nunɔla la natɔ dzo awu la, avɔ la alo nu si wolɔ̃ kple lãfu, ɖeti alo lãgbalẽ la, elabena woate ŋu axɔ kpodɔ la, eya ta ele be woatɔ dzoe. “Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe eŋu le ŋkeke adrea gbe, eye wòkpɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o la, ekema ana woanya alo aklɔ nu la, eye wòatsɔe adzra ɖo ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea megbe, ne teƒe la ƒe amadede metrɔ o, togbɔ be teƒe la mekeke ɖe edzi o hã la, efia be kpodɔe, eya ta ele be woatɔ dzoe, elabena kpodɔ le eme. Ne nunɔla la kpɔ be teƒe la ƒe amadede klo le nua nyanya megbe la, ekema alã teƒe la ɖa le avɔ la, lãgbalẽnu alo nu lɔlɔ̃ la me. Ke ne wogakpɔ dzesi ma le nu lɔlɔ̃a me la, ekema kpodɔe: ele be nunɔla la natɔ dzoe. Ke ne dzesi ma megadze le nu lɔlɔ̃a nyanya vɔ megbe o la, woaganyae, eye woagate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe kpodɔ ƒe avɔ si wolɔ̃ kple lãfu alo ɖeti me nɔnɔ ŋuti. Wofia ale si woawɔ aka ɖe edzi be kpodɔléle la le eme loo alo mele eme o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/14-98755e58c52417759e4aa09ada9d0036.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Esiawoe nye ɖoɖowo na ame si dze dɔ le ameŋukɔɣi ne wokplɔe va nunɔla gbɔe. Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la, ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ. Nunɔla la ana woawu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. Woanyrɔ xevi evelia si le agbe la kple sedati, ka dzẽ kpakple kakle la ɖe xeviʋu la me le zea me. Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo. “Ame si ŋu wokɔ la, anya eƒe awuwo, aƒlɔ eƒe taɖa katã ɖa, ale tsi, eye wòayi aɖanɔ asaɖa la me azɔ. Ke anɔ eƒe agbadɔ godo ŋkeke adre. Le ŋkeke adrea gbe la, agaƒlɔ eƒe taɖa ƒioƒioƒio, alũ eƒe ge kple eƒe adzugo, anya eƒe awuwo, ale tsi, ekema woabui be kpodɔ la vɔ le eŋu azɔ keŋkeŋ. “Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia. Nunɔla si doe kpɔ la atsɔ amea kple eƒe nunana aɖo Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ alẽawo dometɔ ɖeka kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la, eye wòatsɔ wo ana Yehowa abe fɔɖivɔsa ene to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe. Nunɔla la asisi fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe ame si ŋuti kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu, ɖe eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu ŋu kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu ŋu. Emegbe nunɔla la akɔ ami la ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome. Nunɔla la atsɔ eƒe nuɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ade ami la me, eye wòahlẽe kple eƒe asibidɛ zi adre le Yehowa ŋkume. Nunɔla la asisi ami si susɔ ɖe eƒe miasiƒome la ɖe amea ƒe ɖusito kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu, abe ale si wòwɔ kple fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ene. Atsɔ ami si gasusɔ ɖe eƒe miasiƒome la asi ɖe ta nɛ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. “Le esia megbe la, nunɔla la asa nu vɔ̃ vɔsa la, eye wòagalé avu le ame si ŋu kɔm wòle tso kpodɔ si me la nu. Nunɔla la awu numevɔsalã la, eye wòatsɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe eŋu atsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui la dzi, alé avu ɖe amea nu, ekema woagblɔ be amea ŋuti kɔ keŋkeŋ azɔ. “Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽvi eve o la, ekema ana agbovi ɖeka ko na fɔɖivɔsa la be woatsɔ ana Yehowa hena avuléle to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Nu siwo agakpe ɖe esia ŋu koe nye wɔ memee kilogram ɖeka si dzi wokɔ ami ɖo hena nuɖuvɔsa la kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia. “Ele be wòagana akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, wo dometɔ si wòate ŋu ana ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ. Amea atsɔ wo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu le ŋkeke enyia gbe hena eŋutikɔkɔ le Yehowa ŋkume. Nunɔla la atsɔ alẽvi kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la asa fɔɖivɔ, eye wòanye wo le vɔsamlekpui la ŋgɔ abe wo tsɔtsɔ na Yehowa ƒe dzesi ene. Emegbe la, awu alẽvi la na fɔɖivɔsa la, eye wòasi ʋu la ƒe ɖe ɖe ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu dzi kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu dzi. Azɔ la, nunɔla la atrɔ ami la akɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome, eye wòatsɔ eƒe ɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ahlẽ ami la ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋkume. Ekema asi ami si le eƒe asiƒome la ƒe ɖe ɖe eƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu dzi, abe ale si wòwɔ kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ƒe ʋu ene. Nunɔla la atsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la asi na ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ta, atsɔ alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume. Azɔ la, ana akpakpa eveawo alo ahɔnɛvi eveawo, wo dometɔ si wòate ŋui ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ kpe ɖe nuɖuvɔ ŋu. Nunɔla la alé avu ɖe amea nu le Yehowa ŋkume.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe ŋutigbalẽdɔléla siwo mate ŋu axe fe ɖe vɔsasa siwo woɖo hena wo ŋutikɔkɔ o la ŋu. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne mieɖo Kanaanyigba, afi si mele tsɔtsɔm na mi be wòanye mia tɔ dzi, eye meda kpodɔ ɖe aƒe aɖe me le anyigba la dzi la, ekema ele be aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla la be, ‘Edze nam abe ɖe kpodɔ le nye aƒe me ene!’ Nunɔla la ana woafɔ nu sia nu ado goe le aƒea me hafi wòalé ŋku ɖe aƒea ŋu, ale be nu siwo le aƒea me la dometɔ aɖeke magazu nu makɔmakɔ ne ekpɔ be kpodɔ le aƒea me o. Ne ekpɔ aŋgbamu ƒe teƒe kple teƒe dzĩ aɖewo le aƒea me ƒe gliwo ŋu, eye teƒe mawo dze abe ɖe wonye ɖe eme vie ene la, ele be nunɔla la natu aƒe la ŋkeke adre, eye wòatrɔ ava le ŋkeke adrea gbe be wòagalé ŋku ɖe aƒea ŋu. Ne teƒeawo keke ɖe edzi le gliawo ŋu la, ekema nunɔla la ana woadza teƒe mawo ɖa le gliawo ŋu, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. Woatsɔ kpe yeyewo aɖɔli kpe xoxo siwo woho le gliawo me, eye woagbugbɔ gliawo ŋu azrɔ̃. “Ne aŋgbamu teƒe kple teƒe dzĩawo gadze la, nunɔla la agava alé ŋku ɖe wo ŋu, eye ne ekpɔ be wokeke ɖe edzi la, ekema atso nya me be kpodɔe, eye aƒea ŋu mekɔ o. Ana woagbã xɔ la, eye woalɔ kpeawo, atiawo kple anyi la aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo. “Ame sia ame si ge ɖe aƒea me le esime wotui la, ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele na ame sia ame si mlɔ aƒea me alo ɖu nu le eme la be wòanya eƒe awuwo. “Ke ne nunɔla la va zi evelia be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu, eye teƒeawo megadze le gliawo ŋu zɔzrɔ̃ megbe o la, ekema atso nya me be aƒea ŋu kɔ, eye kpodɔ la megali o. Atsɔ xevi eve, sedati, ka dzĩ kple kakle awɔ nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawoe. Awu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me. Ekema atsɔ sedati la, kakle la, ka dzĩ la kple xevi gbagbe la ade xevi si wowu la ƒe ʋu kple tsi nyui me, eye wòahlẽe ɖe aƒea ŋu zi adre. Akɔ aƒea ŋu kple xevi la ƒe ʋu, tsi nyui la, xevi gbagbe la, sedati la kple kakle kple ka dzĩ la. Aɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo ayi gbe me le du la godo. Mɔ sia dzie wòato aɖe vɔ̃ ɖa le aƒe la ŋu, eye wòakɔ eŋuti.” Esiawoe nye se siwo ku ɖe teƒe vovovo siwo kpodɔ ado ɖo la ŋu, le awu me loo alo le xɔ ŋu, le nutete teƒe, dzobi teƒe loo alo teƒe dzĩ aɖe le ame ƒe ŋutilã ŋu. Miato mɔ sia dzi anya nenye kpodɔe loo alo menye eyae o. Nu sia tae wona se siawo ɖo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/15-e9fbed4933ea22102a458ffd7a416404.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o. Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o. “ ‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o, eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi. “ ‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. “ ‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu sia nu si dzi afuɖɔla la anɔ ne ele sɔ dom la, ŋuti mekɔ o, eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi. “ ‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ele be woagbã ze si ŋu ŋutsu la ka asii, eye woaklɔ atinu si ŋu wòka asii. “ ‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la. Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta. “ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Ame sia ame si ka asi eƒe nunɔdzi aɖe ŋu la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o. “ ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene. Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “ ‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ. Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta. “ ‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’ ” Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o, kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/16-03b75ad81b6083ae5b8c810b8f6f7d35.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒo nu na Mose le Aron ƒe viŋutsu eveawo ƒe ku megbe esime wote ɖe Yehowa ŋu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame. “Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa. Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo. Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa. “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta. Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le. Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ. Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi. “Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la, atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo. Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o. Atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ade asibidɛ eme, eye wòahlẽ ʋu la ɖe amenuvevezikpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòagahlẽe zi adre ɖe eŋgɔ. “Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene. Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go. “Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye wòahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la dzi zi adre kple eƒe asibidɛ. Ale wòakɔ eŋuti tso Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo me, eye wòawɔe kɔkɔe. “Ne ewu nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa le Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ blibo la kple vɔsamlekpui la ŋu ƒe wɔnawo nu la, ahe gbɔ̃ gbagbe si wotia na Azazel la vɛ. Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi. Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma. “Azɔ la, Aron agayi Agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu siwo wòdo esi wòyi xɔmetsovɔ la godo, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma le Agbadɔ la me. Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta. Ekema atɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi. “Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me. Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu. Emegbe la, ame si tɔ dzo lãawo la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòatrɔ ayi asaɖa la me. “Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o, elabena le ŋkeke sia dzi woalé avu na mi, akɔ mia ŋuti. Ekema le Yehowa ŋkume la, mia ŋuti akɔ tso miaƒe nu vɔ̃wo katã me. Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi. Le dzidzime bubuwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nunɔlagã si wosi ami na, eye wokɔ eŋuti ɖe Tɔgbuia Aron teƒe lae awɔ ŋutikɔkɔ kɔnu sia. Eyae nye ame si ado aklalawu kɔkɔeawo, eye wòakɔ Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ la, vɔsamlekpui la, nunɔlawo kple ameawo ŋu. “Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/17-a0f90089e73ca70ef928e52f16cefa1a.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye se si Yehowa de: Israelvi ɖe sia ɖe si asa vɔ kple nyitsu, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo egodo le esime wòatsɔe ava Mawu ƒe Agbadɔ la nu bena woasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe ŋkume teƒe la, woabu ame ma be eɖi fɔ le ʋukɔkɔɖi me. Ekɔ ʋu ɖi, eye ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa vɔ le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ nɛ. Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ. Woawɔ alea, ale be amewo masa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.’ “Gblɔ na wo be, ‘Israelvi aɖe alo amedzro aɖe si le mia dome, ame si asa numevɔ alo vɔsa bubu aɖe, eye metsɔe va Mawu ƒe Agbadɔ la nu be wòasa vɔ la na Yehowa o la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. “ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome. Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la. Nu sia tae mede se na Israelviwo alo amedzro siwo le wo dome la be womekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke ƒe ʋu o ɖo. “ ‘Ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si yi adegbe, eye wòwu lã aɖe alo xevi aɖe, si ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu la, ele nɛ be wòatsyɔ ʋu la akɔ ɖe anyigba, eye wòakplɔ ke atsyɔ edzi, elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu lã ƒe ʋu la. “ ‘Kpe ɖe esia ŋu la, ele na ame sia ame, Israelvi alo amedzro, si aɖu lã aɖe si ku le eɖokui si alo lã aɖe si lã lénu aɖe vuvu la, be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eƒe ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Esia megbe la, eƒe ŋuti akɔ. Ke ne menya eƒe awuwo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ akpɔ eyomedzenu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/18-c00c97269d597eba4642cbcbaf40772e.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o. Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa. “ ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o. “ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o. “ ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ. “ ‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o. “ ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò. “ ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò. “ ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o. “ ‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o. “ ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae. “ ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe. “ ‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa. “ ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o, “ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o. “ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ. “ ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ. “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi. Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe. Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ. Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene. “ ‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/19-8e8bcb98fe277c954d17dcdae051f0c5.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe. “ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe. Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe, elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o. Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome. “ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o. Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o. “ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o. “ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi. “ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene. “ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Miwɔ nye seawo dzi. “ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o. Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo. Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee. “ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o. Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene. Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu. “ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o. “ ‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o. “ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa. “ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi. “ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa! “ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o. Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu! “ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o. Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte. “ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/20-4dc277e2669c175d75ee883e09d3d331.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee. Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la. Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la, ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo. “ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. “ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti. “ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu. “ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me. “ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. “ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. “ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi. “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go. “ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. “ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o. Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo. Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome. “ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã. Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo. “ ‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/21-042de7603abaea1d2ecb0c682525885d.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron ƒe vi nunɔlawo be, ‘Mele be nunɔla naƒo ɖi eɖokui to asikaka ame kukuwo ŋu me o, negbe eƒe ƒometɔ kekeake ko, abe dadaa alo fofoa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔvia ŋutsu, alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe o, eye wòle eƒe dzikpɔkpɔ te, esi srɔ̃ mele esi o ta ene. Ate ŋu agblẽ kɔ na eɖokui le nɔvia nyɔnu sia ta. Ele be wòanɔ alea, elabena nunɔla nye kplɔla le ameawo dome, eye mele be wòaƒo ɖi eɖokui abe ame bubu siwo menye nunɔlawo ene o. “ ‘Nunɔla aɖeke mekpɔ mɔ aƒlɔ eƒe ta alo afɔ eƒe ge dzi alo asi eƒe ŋutigbalẽ o. Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe. Mele be nunɔla naɖe gbolo alo nyɔnu si gbe atsu o, elabena nunɔlawo le kɔkɔe na woƒe Mawu la. Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe. Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe. “ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o. Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o. Mekpɔ mɔ agblẽ eƒe Mawu la ƒe kɔkɔeƒe ɖi alo ado gui o, elabena wokɔ eya amea ŋuti kple eƒe Mawu la ƒe ami kɔkɔe; nyee nye Yehowa. Ele be wòaɖe ɖetugbivi dzadzɛ aɖe. Maɖe ahosi alo nyɔnu si gbe atsu alo nyɔnu si atsu gbe loo alo gbolo o. Ele be wòaɖe ɖetugbi dzadzɛ tso eya ŋutɔ ƒe to la me, elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Le dzidzime siwo gbɔna me la, nuwɔametɔ aɖeke mekpɔ mɔ ate va be yeatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔ̃e o. Manye le kpɔɖeŋu me, ame si nye ŋkuagbãtɔ alo xɔdrɔ̃, ame si ƒe ŋɔti gbã alo ame si to asibidɛ ade alo afɔbidɛ ade, alo wòŋe ata alo abɔ alo wòɖo kpo alo wònye ame kpui zegede alo tasi le ŋku dzi nɛ, wòdze akpa alo wòɖo vo o. Ne amea nye Aron ƒe dzidzimevi hã la, womeɖe mɔ nɛ be wòawɔ dzovɔsa aɖeke na Yehowa o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta. Womaɖe mɔ nɛ be wòawɔ vɔsa aɖeke na Mawu o. Ke ekpɔ mɔ aɖu nunɔlawo ƒe nu tso vɔ siwo wosa na Mawu la me, tso vɔsa kɔkɔewo kple vɔsa kɔkɔetɔwo kekeake me, gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ” Ale Mose de se siawo na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/22-520f3efc8a8c7f3d254e8a4a74eda537.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa. “Tso azɔ dzi yi mavɔmavɔ me la, ne nunɔla aɖe si ŋu mekɔ o, tsɔ lã siwo amewo tsɔ va sa vɔe alo ka asi nu si Israelviwo tsɔ vɛ na Yehowa ŋu la, woaɖe nunɔlanyenye la le edzi, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Ne Aron viwo dometɔ aɖe nye kpodɔléla alo dze abi si le tsi tsyɔm la, mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔewo o va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ. Ne nunɔla aɖe ka asi ame kuku aɖe ŋu alo ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o ŋu, alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la, nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi. Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo. Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖeke si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu o, elabena nu sia ana wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa. “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti. “ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. Ke ame bubu siwo ate ŋu aɖui koe nye kluvi si nunɔla aɖe ƒle kple eya ŋutɔ ƒe ga kple vi siwo kluvi la dzi le nunɔla la ƒe aƒe me. Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu ɖe srɔ̃ tso to bubu me la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o. Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o. “ ‘Ne amedzro aɖe ɖu nu kɔkɔe la le ŋuɖeɖi me la, axe nu si wòɖu la ƒe fe na nunɔla, eye wòatsɔ home la ƒe memama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu, elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na. Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron kple via ŋutsuwo kple Israelviwo katã, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe, dzɔleaƒea alo amedzro si le Isreal sa numevɔ na Yehowa abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo nunana le lɔlɔ̃nu ene la, Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃. Mele be woana nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke le la o, elabena Mawu maxɔe o. Ne ame aɖe be yeasa akpedavɔ na Yehowa tso eƒe lãhawo me, abe adzɔgbeɖefexexe ene loo alo abe nu si tso eƒe dzi me nana ko ene la, ele be wòana lã aɖe si de blibo. Ne mele alea o la, Yehowa maxɔ eƒe nunana la o. Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o. Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o. Womatsɔ lã si nuvevi wɔ voku na alo lã si wota la ana Yehowa ɣe aɖeke ɣi o. Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa. Mègawu nyi alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o. “Ne èsa akpedavɔ na Yehowa la, sae ale be woate ŋu axɔe na wò. Ele be woaɖui gbe ma gbe ke; mègagblẽ eƒe ɖeke ɖi va se ɖe ŋdi o. Nyee nye Yehowa. “Ele be mialé nye seawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa. Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Ele be Israelviwo nabum ame kɔkɔe. Nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe, eye mekplɔ mi tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/23-5fa50a43501e2d52d65f4f8e920cb163.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene. “ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me. “ ‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi. Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ. “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ma ke ƒe ŋkeke wuiatɔ̃a gbe la, Yehowa ƒe Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui adze egɔme. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo si me womede amɔʋãtike o. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. Hena ŋkeke adre la, miawɔ dzovɔsa na Yehowa, eye le ŋkeke adrelia dzi la, yɔ takpekpe kɔkɔe, eye miawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke la dzi o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo anyigba si mele mia na ge dzi, eye miexa nukuwo la, mitsɔ lu babla gbãtɔ vɛ na nunɔla la. Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke. Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa. Miatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami la asa numevɔ na Yehowa, eye wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nɛ. Emegbe la, miatsɔ wain lita ɖeka asa nunovɔ. Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la. “ ‘Tso Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke, gbe si gbe mietsɔ lu babla gbãtɔ vɛ, eye mienyee le yame la, xlẽ kɔsiɖa blibo adre. Xlẽ ŋkeke blaatɔ̃ va se ɖe ŋkeke si dze Dzudzɔgbe adrelia dzi, eye miasa vɔ kple nuŋeŋe yeyewo na Yehowa. Nunana sia anye abolo eve tso miaƒe aƒewo me, eye woanye wo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ nɛ ƒe dzesi ene. Mitsɔ wɔ memee si ʋã la kilogram eve wɔ abolo siawo. Nunana sia nye miaƒe kutsetse gbãtɔwo na Yehowa. Kpe ɖe abolo kple wain ŋuti la, miatsɔ alẽvi adre siwo xɔ ƒe ɖeka, nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo de blibo la asa numevɔ na Yehowa. Wo katã nye dzovɔsawo eye wonye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa. Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe. Nunɔla la anye nunana siawo le yame le Yehowa ŋkume hekpe ɖe nu gbãtɔwo ƒe abolo ŋu, kpakple alẽvi eveawo siwo nye nu kɔkɔewo na Yehowa, eye woatsɔ wo ana nunɔlawo abe woƒe nuɖuɖu ene. Woaɖe gbeƒã ŋkeke ma abe amewo katã ƒe takpekpe kɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ene. Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Esia nye se si dzi woawɔ tso dzidzime yi dzidzime. “ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ele be miadzudzɔ mia ɖokui, wòanye takpekpe kɔkɔe si dzi woaɖo ŋkui kple kpẽkuku. Migawɔ gbe sia gbe dɔwo o, ke boŋ misa dzovɔ na Yehowa.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ nye Avuléŋkekenyui la. Miwɔ takpekpe kɔkɔe, miatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa. Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, elabena enye avuléŋkeke tɔxɛ le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Ne ame aɖe mewɔ ŋkeke sia ŋu dɔ hena dzimetɔtrɔ kple konyifafa ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe gbe ma gbe la tso eƒe amewo dome. Miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ele be esia nanye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo ava va le afi si mianɔ. Ŋkeke sia nye dzudzɔgbe; miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase veve ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Avuléɣeyiɣi sia adze egɔme tso fiẽ si do ŋgɔ na Avuléŋkekenyui la, eye wòayi edzi va se ɖe ŋkekenyui la ƒe fiẽ.” Yehowa gblɔ na Mose bena, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, Yehowa ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la adze egɔme eye woaɖui ŋkeke adre. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe le ŋkeke gbãtɔ dzi. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’ (“ ‘Esiawoe nye ŋkekenyui siwo miaɖu atsɔ de bubu Yehowa ŋu; ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔewo, eye woasa dzovɔwo, numevɔ, nuɖuvɔ, akpedavɔ kple nunovɔ na Yehowa. Ŋkeke ɖe sia ɖe kple etɔ Ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siawo kpe ɖe kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe Dzudzɔgbe ŋu. Vɔ siwo woasa le ŋkekenyui siawo dzi la akpe ɖe miaƒe ɣe sia ɣi ƒe nunanawo kple adzɔgbeɖefewo ŋu.) “ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo. Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ. Ŋkekenyui sia, si woaɖu na Yehowa ŋkeke adre, ƒe sia ƒe la, nye se tso dzidzime yi dzidzime. Le ŋkeke adre mawo me la, ele be mi ame siwo katã nye Israelvi dzidziawo la, mianɔ agbadɔ siawo me. Nu sia ƒe taɖodzinue nye be woaɖo ŋku edzi na Israelviwo, tso dzidzime yi dzidzime be meɖe mi tso Egiptenyigba dzi, eye mena mienɔ agbadɔwo me. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Ale Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkekenyui siwo woaɖu ƒe sia ƒe la na Israelviwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/24-37689598a4e5ae1178c466041d98fa81.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Le Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe xɔmetsovɔ megbe la, Aron akpɔ akaɖiawo dzi woanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime. Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi. “Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe, ada ɖe fli eve me: ade nanɔ fli ɖeka me le sikakplɔ̃ si le tsitre ɖe Yehowa ŋkume la dzi. Woatsɔ wɔ memee kilogram wuieve ame abolo ɖe sia ɖe. Woawu lifi ɖe fli eveawo dzi. Esia anye dzovɔsa na Yehowa, Woaɖoe Yehowa ƒe ŋkume ɖaa Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe, eye miatsɔe aɖo ŋku Mawu ƒe nubabla mavɔ si wòwɔ kple Israelviwo la dzi. Aron kple via ŋutsuwo aɖu abolo la le teƒe tɔxɛ si woɖo na aboloawo ɖuɖu, elabena esiawoe nye dzovɔ si wosa na Yehowa le eƒe se mavɔ la nu. Wonye nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo.” Gbe ɖeka, le asaɖa la me la, ɖekakpui aɖe si dada nye Israel nyɔnu, eye fofoa nye Egiptetɔ la wɔ avu kple Israel ŋutsu aɖe. Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.) Wodee gaxɔ me va se ɖe esime Yehowa aɖe nu si woawɔe la afia. Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee. Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ƒo fi de eƒe Mawu la, ekema eɖi fɔ; woawu ame sia ame si ado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame sia ame si le ameha la me aƒu kpee. Eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro, ne edo vlo Ŋkɔ la ko, woawui. “ ‘Kpe ɖe esia ŋuti la, woawu hlɔ̃dolawo katã. Ne ame aɖe wu lã aɖe si menye etɔ o la, ele be wòaɖoe eteƒe. To si woahe na ame aɖe si awɔ nuvevi ame aɖe lae nye be woawɔ nuvevi ma tututu eya hã le mɔ ma ke nu: ƒuŋeŋe ɖe ƒuŋeŋe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe. Nu sia nu si ame aɖe awɔ nɔvia la, woawɔ nu ma tututu eya hã. “ ‘Megale egblɔm be ne ame aɖe wu ame bubu aɖe ƒe lã la, ele be wòaɖo eteƒe, eye ne ame aɖe wu ame la, woawu eya hã. Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Ale Mose ƒo nu na Israelviwo eye wohe ɖekakpui la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee va se ɖe esime wòku abe ale si Yehowa de se na Mose ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/25-70332c74a5c3a8cf974e7b6fcec2b420.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose le Sinai to la dzi bena, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia na ge dzi la, ele be anyigba la naɖu dzudzɔgbe na Yehowa. Miaƒã miaƒe nukuwo, aɖe miaƒe waintiwo ŋu, eye miaxa miaƒe agblemenukuwo, ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o. Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko, hekpe ɖe wò aƒemelãwo kple lã wɔadã siwo le wò anyigba dzi la ŋu. Nu sia nu si anyigba la na la, woate ŋu aɖui. “ ‘Xlẽ dzudzɔƒe teƒe adre ale be dzudzɔƒe teƒe adreawo ƒe teƒe adre nanye ƒe blaene-vɔ- asiekɛ. Ekema na woaku kpẽ le afi sia afi le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewoa gbe; le Avuléŋkeke la dzi la, na woaku kpẽ le wò anyigba blibo la dzi. Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me. Ƒe blaatɔ̃lia anye Aseyetsoƒe na mi. Migaƒã nu alo axa nuku siwo mie le woawo ŋutɔ ɖokui si alo agbe waintsetse siwo tsi gbe me o, elabena Aseyetsoƒe kɔkɔe aɖee wònye na mi. Le ƒe ma me la, miaƒe nuɖuɖu anye nuku siwo miexa tso agble me. “ ‘Ɛ̃, le ƒe ma me la, ame sia ame atrɔ ayi wo de, ayi nu si nye eƒe ƒomea tɔ la gbɔ; ne edzra nane la, woagbugbɔe nɛ! “ ‘Ne èdzra anyigba na Israelvi aɖe alo ƒlee le esi la, mègabae o. Aseyetsoƒe la ŋu nàƒle nu le nɔviwo si ɖo, eye ƒe ale si sinu nàŋe nu la ŋu wòadzrae na wò ɖo. Ne Aseyetsoƒe la le ŋgɔ ƒe geɖe la, anyigba la ƒe home akɔ. Ke ne ƒe ʋɛ aɖewo koe susɔ la, asi la abɔbɔ, elabena nu si ŋuti wole asi dom ɖo lae nye agblemenuku siwo anyigbatɔ yeye la akpɔ le anyigba la dzi. Migaba mia nɔewo o, ke boŋ mivɔ̃ miaƒe Mawu; nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ nye seawo dzi, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi. Ne miewɔ seawo dzi la, miaƒe agblemenukuwo aʋã, eye miaɖu nu aɖi ƒo. Ke miabia be, “Nu ka míaɖu le ƒe adrelia me esi womeɖe mɔ na mí be míaƒã nu alo aŋe nu le ƒe ma me o?” Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃. Ne mieƒã nukuwo le ƒe enyilia me la, miaɖu miaƒe nu xoxowo, eye miayi wo ɖuɖu dzi va se ɖe esime ƒe asiekɛlia ƒe nuŋeɣi naɖo. “ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye! Le anyigbadzadzra ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe me la, ele be woaɖo kpe edzi be anyigbadzrala la agate ŋu agbugbɔ anyigba la axɔ ɣe sia ɣi. “ ‘Ne hiã tu ame aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba ƒe akpa aɖe la, ekema eƒe ƒometɔ tututuwo ate ŋu axe fe ɖe eta, axɔe. Ne ƒometɔ aɖeke meli si ate ŋu axɔe o, eye wòva kpɔ ga emegbe la, ekema eya ŋutɔ agate ŋu aƒlee ɣe sia ɣi, eye wòaxe ga ɖe eta ɖe nuŋeɣi siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe naɖo la nu. Ele be anyigbaƒlela la naxɔ ga la, eye wòagbugbɔ anyigba la na anyigbatɔ gbãtɔ. Ke ne anyigbatɔ gbãtɔ la mete ŋu gbugbɔe ƒle o la, ekema anyigba la anye eƒlela la tɔ va se ɖe Aseyetsoƒe la dzi. Ke ele be wòagbugbɔe na anyigbatɔ la le Aseyetsoƒe la me kokoko. “ ‘Ne ame aɖe dzra eƒe aƒe le du si woɖo gli ƒo xlãe me la, agate ŋu axɔe le ƒe ɖeka me ko. Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o. Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko. “ ‘Mele alea le Levitɔwo ya gome o. Levitɔwo ya ate ŋu agbugbɔ woƒe aƒewo axɔ ɣe sia ɣi, le du siwo wotsɔ na wo la me, ke ne Levitɔ aɖeke mexɔe o la, ekema woaɖe asi le aƒe si wodzra le woawo ŋutɔ ƒe du me la ŋuti le Aseyetsoƒe la dzi, elabena Levitɔwo ƒe duwo nye woawo ŋutɔ tɔ le Israelviwo dome. Womeɖe mɔ na Levitɔwo be woadzra lãnyiƒenyigba siwo ƒo xlã woƒe duwo o, elabena wonye wo tɔ ɖikaa, eye womagate ŋu anye ame bubu aɖeke tɔ o. “ ‘Ne hiã tu hawòvi, Israelvi, eye magate ŋu akpɔ eɖokui dzi o la, enye wò dɔdeasi be nàkpe ɖe eŋu. Na wòava nɔ gbɔwò le wò aƒe me abe amedzro si dze gbɔwò ene. Mègaxɔ deme ɖe ga si nèdo nɛ la dzi o, ke boŋ vɔ̃ wò Mawu, eye nàna wòanɔ gbɔwò. Ɖo ŋku edzi be deme aɖeke mele eme o, eye nàna nu sia nu si hiãe la adzɔmaxɔe. Mègati viɖe yome o. Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu. “ ‘Ne nɔviwò Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na wò la, mele be nàwɔ eŋu dɔ abe kluvi bubuawo ene o, ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me. Le Aseyetsoƒe la me la, ate ŋu adzo kple viawo, eye wòatrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple eƒe domenyinuwo gbɔ. Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo alo awɔ fu mi o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. “ ‘Miate ŋu aƒle kluviwo tso dukɔ bubu siwo ƒo xlã mi la me, eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã. Woanye kluviwo na mi tegbetegbe, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo. Ke mele be miawɔ mia nɔvi, Israelviwo ya nenema o. “ ‘Ne amedzro aɖe si le mia dome zu hotsuitɔ, eye ne Israelvi aɖe ɖo ko, eye wòdzra eɖokui na amedzro hotsuitɔ la alo hotsuitɔ la ƒe ƒometɔ la, Israelvi la nɔviŋutsu, fofoa alo dadaa nɔviŋutsu, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu, viŋutsu alo ame sia ame si nye eƒe ƒometɔ tututu la ate ŋu axɔe. Eya ŋutɔ hã ate ŋu axɔ eɖokui ne ate ŋu akpɔ ga home la. Fe si wòaxe ɖe eƒe ablɔɖe ta la, aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe la naɖo la ŋu. Esɔ kple fe si woaxe na agbatedɔwɔlawo le ƒe mawo me. Ne ƒe geɖewo ava yi hafi Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema amea axe ga si wòxɔ esime wòdzra eɖokui la ƒe akpa gãtɔ. Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko. Ne edzra eɖokui na amedzro aɖe la, ele be amedzro la nalé be nɛ abe agbatedɔwɔla ene, ke mawɔ eŋu dɔ abe kluvi alo nu si nye etɔ la ene o. “ ‘Ne womete ŋu xɔe hafi Aseyetsoƒe la ɖo o la, ekema woana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo le Aseyetsoƒe la me. Elabena nye amewoe nye Israelviwo. Nyee ɖe wo tso Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/26-705b6fcc0a523d33f7f740c8a789092e.mp3?version_id=1613,"“ ‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. “ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa. “ ‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la, mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo. Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me, elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ. Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu. Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi. Makpɔ mia dzi, mana miadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu si mebla kpli mi la dzi. Miaƒe nukuwo asɔ gbɔ na mi wu ale si miehiã ale gbegbe be miaganya nu si miawɔ kple esi atsi anyi o, eye mianya ɣeyiɣi si nuŋeɣi agaɖo o! Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o. Mazɔ le mia dome, manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye amewo, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’ ” “Ke ne miaɖo tom alo awɔ nye seawo dzi o, ke boŋ miagbe nye ɖoɖowo la, ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo. “Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã! “Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene. Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o. “Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi. “Eye ne nu siawo gɔ̃ hã mana miatrɔ dzi me o, ke boŋ miagayi tsitretsitsi ɖe nye didiwo ŋu dzi la, ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta. Mabia hlɔ̃ mi le ale si miegbe nye nubabla dzi wɔwɔ ta, to aʋawɔwɔ hehe va mia dzi me. Miasi ayi miaƒe duwo me, eye maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome le afi ma. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi. Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko. “Ne miagagbe toɖoɖom kple nye sewo dzi wɔwɔ kokoko la, ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta. Miaɖu miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, makaka vɔsamlekpui siwo le towo dzi, afi si miedea ta agu na legbawo le. Magbã miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, miaƒe ame kukuwo aƒaƒã ɖe miaƒe legbawo dome, eye mianyɔ ŋu nam. Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o. Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta. “Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã. Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe. Le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la, anyigba la akpɔ dzudzɔ si mekpɔ le dzudzɔgbe siwo mienɔ edzi la kpɔ o. “Mana woaɖe aboyo ame siwo aganɔ agbe la ayi didiƒenyigbawo dzi abe aʋaléleawo kple kluviwo ene. Woanɔ afi ma kple dzodzo nyanyanya ɣe sia ɣi. Ne ya ƒo aŋugba la, eƒe gbeɖiɖi ana woasi abe ame aɖee le wo nyam kple yi ene. Woadze anyi le esime ame aɖeke mele wo nyam o. Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene. Miatsrɔ̃ le dukɔwo dome, eye miaƒe futɔwo awu mi. Ame siwo atsi agbe la atsi asi le futɔwo ƒe anyigba dzi le woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ siwo wo fofowo wɔ la ta. “Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si na meɖo wo ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi me la, ekema ne woƒe dzi kuatriwo bɔbɔ wo ɖokui, eye woxe fe ɖe woƒe nu vɔ̃ ta la, magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi, elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta. Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!” Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo Yehowa na Israelviwo to Mose dzi le Sinai to la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LEV/27-0abf61db42f2406389d0cd5172c85b69.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la, ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo. Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu. Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la. “ ‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa. Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe. Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla, ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ. Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ. Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo. Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã. Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu. Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ. “ ‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o. Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la. “ ‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la, ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa. Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ. Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi. “ ‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo. Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe. Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa. “ ‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui. “ ‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe. Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o. Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ” Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LAM/1-6adcbd9204c3b5bafcf30280f27e56fb.mp3?version_id=1613,"“Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe. “Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo. “Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me. “Zion mɔwo le konyi fam elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe eƒe azãwo ɖuƒe o. Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me. “Eƒe futɔwo zu edziɖulawo eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi. Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta. Viawo yi ɖe aboyo me, eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ. “Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o, eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene. “Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta. “Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo. “Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.” Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la. Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe, wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe. “O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.” “Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea? “Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã. “Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene, etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me. Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa. Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o. “Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo. “Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.” Zion ke eƒe abɔwo me gake ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo eye Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome. “Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me. “Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe. “O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa! Nye ameti blibo la metɔtɔ eye nye dzi hã le fu ɖem nam elabena medze aglã vevie. Yi le nu gblẽm le gota; eye le eme la, ku koe li. “Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene. “Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me; wɔ na wo abe ale si nèwɔm le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene. Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ eye nu te nye dzi ŋuti.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LAM/2-f645aac1d0c158c2d85a76e3f0c88c1b.mp3?version_id=1613,"Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi! Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le eƒe dzikudogbe o. Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me. Etsɔ dziku helĩhelĩ helã Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe ɖa. Esi futɔwo gbɔna mía gbɔ la, eɖe eƒe nuɖusibɔ ɖa. Ebi le Yakob me abe dzo bibi si fia nu sia nu si ƒo xlãe la ene. Ehe eƒe da me abe futɔ ene eye eƒe nuɖusibɔ le klalo. Ewu ame siwo katã nyo na eƒe ŋku abe ale si futɔ wɔnɛ ene. Etrɔ eƒe dziku kɔ ɖe Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ dzi abe dzo ene. Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel. Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi. Ekaka eƒe nɔƒe abe ale si wokakaa kpɔ le abɔ ŋu ene hegblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na Zion ŋlɔ eƒe ŋkekenyuiwo kple Dzudzɔgbewo be eye le eƒe dziku helĩhelĩ me wòdo vlo fia la kple nunɔla siaa. Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ. Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me abe le ŋkekenyuiɖugbe ene. Yehowa ɖoe kplikpaa be yeagbã gli le Zion vinyɔnu ŋu. Etsɔ nudzidzeka ɖo eŋu eye mehe eƒe asi ɖe megbe o, ke boŋ egbãe gudugudu. Ena be kpoƒuƒuwo kple gliwo siaa xa nu eye wo kple eve la siaa mu dze anyi. Eƒe agbowo ɖo do ɖe anyigba eye wòŋe eƒe gametiwo kple gakpo siwo ŋu wobla wo ɖo. Woɖe aboyo eƒe fia kple dumegãwo ɖo ɖe dukɔwo dome, se la megali o eye eƒe Nyagblɔɖilawo hã megaxɔa ɖeɖefia tso Yehowa gbɔ o. Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me. Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame eye wota akpanya. Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to. Avifafa na nu te nye ŋkuwo ŋu, nye lãme katã ʋu dzo ɖe menye, nye dzi lolõ hekɔ ɖe anyigba, elabena wotsrɔ̃ nye amewo, eye nu ti kɔ na ɖeviwo kple vidzĩwo siaa le dua ƒe kpɔdomewo. Wobia wo dadawo be, “Afi ka abolo kple wain le?” Elabena nu te wo ŋu le dua ƒe kpɔdomewo abe ame siwo ŋu wode abi ene eye woƒe agbe nu tso le wo dadawo ƒe akɔnu. Nya ka magblɔ na wò? O Yerusalem vinyɔnu, nu ka matsɔ asɔ kpli wò? Nu ka magblɔ be ele abe wò ene, ne mafa akɔ na wò, O Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o? Wò abiwo goglo abe atsiaƒu ene, ame ka ate ŋu ayɔ dɔ wò? Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo nye alakpa kple yakanyawo, womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò, be womagaɖo wò ɖe aboyo me o. Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso eye wòkplɔ mi trae. Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la si akpe ɖe ŋuwò, woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò Yerusalem vinyɔnu ŋu be, “Du siae woyɔna be tugbefia kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?” Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.” Yehowa wɔ nu si wòɖo, ena eƒe nya si wògblɔ ɖi gbe aɖe gbe ʋĩi la va eme. Etsɔ mi ƒu gbe nublanuimakpɔmakpɔtɔe, ena futɔwo kpɔ dzidzɔ le miaƒe anyidzedze ta eye wòkɔ míaƒe futɔwo ƒe dzo ɖe dzi bobobo. Ameawo ƒe dzi le ɣli dom na Aƒetɔ la. O Zion vinyɔnu ƒe gli, na be wò aɖatsiwo nasi abe tɔsisi ene zã kple keli, mègana gbɔdzɔe ɖokuiwò alo ana dzudzɔ wò ŋkuwo o. Fɔ, fa avi le zã me, dze egɔme ne zãdzɔɣi ƒe ga ƒo, trɔ wò dzi kɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe tsi ene. Tsɔ wò abɔwo do ɖe dzi nɛ le viwòwo ƒe agbe ta, ame siwo dɔwuame na wole kukum le kpɔdomewo. “O Yehowa, ɖo ŋku anyi nàkpɔ nu. Ame ka nèwɔ alea kpɔ? Ɖe nyɔnuwo aɖu woƒe dɔmevi, vi siwo dzi wokpɔa? Ɖe wòle be woawu nunɔla kple Nyagblɔɖila le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒea? “Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomewo, nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo tsi yi nu. Ewu wo le wò dzikudogbe, etsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. “Abe ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu ene la, nenemae nèyɔ ŋɔdzi be wòaƒo xlãm godoo. Le Yehowa ƒe dzikuŋkekea dzi la, ame aɖeke mesi alo tsi agbe o. Ame siwo mehe eye menyi la nye futɔ tsrɔ̃ wo katã.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LAM/3-679748b08a915d4c1fd03db5e2b74905.mp3?version_id=1613,"Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te. Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o; Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii le ŋkeke blibo la me. Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo eye wògbã ƒu ɖe lãme nam. Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye. Ena menɔ viviti me abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene. Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o, eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ. Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu. Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam eye wòglɔ̃ nye mɔwo. Abe sisiblisi si de xa ɖi kple dzata si le adeklo dzi ene la, ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum, hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe. Evu eƒe da me eye wòdzidze eƒe dati ɖe dzinye. Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi. Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome, woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã. Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam eye wòkpe veve nam meno. Etsɔ kpe ŋe aɖu nam eye wòfanyam ɖe kewɔ me. Woxɔ ŋutifafa le asinye, meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be. Eya ta megblɔ be, “Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.” Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, dzigbagbã kple vevesese dzi. Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye. Ke esia dzi meɖo ŋkue eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye: Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o. Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ. Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.” Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi, kple ame siwo dinɛ vevie. Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me na Yehowa ƒe ɖeɖe. Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime. Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi. Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me, ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali. Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge eye ŋukpe neyɔe fũu. Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la, egakpɔa nublanui na ame, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ. Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o. Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ. Ne woagbe nu si nye ame tɔ la tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume, eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya; ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa? Ame ka aƒo nu eye wòava eme, ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o? Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa? Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta? Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míado míaƒe dziwo kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena: “Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã eye mètsɔe ke mi o. “Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o. Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome. “Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti. Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ va mía dzi.” Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo elabena wotsrɔ̃ nye amewo. Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa, enu gbe tsotso, va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe. Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta. Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la ɖem ɖe nu abe xevi ene. Wodze agbagba be woatso nye agbe nu le vudo me eye wofɔ kpe ƒum. Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam. O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke. Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.” Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be, “Mègavɔ̃ o.” O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ eye nèɖe nye agbe. Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa, vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye. Na nye nya nadzɔ! Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye. O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la. Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa! Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o, woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me. O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo, ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta. Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi! Ti wo yome kple dziku eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LAM/4-86b940a8f45814f7a5637542cddfdf54.mp3?version_id=1613,"Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi. Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene! Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo abe tsatsaboli le dzogbe ene. Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo; ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe gake ame aɖeke meli ana wo o. Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia. Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ, du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene. Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii, eye woƒu abe nake ene. Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo ku ɖe dɔwuame ta. Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ, heɖiku glãŋui, le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta. Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa, eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m. Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo. Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka, amewo nayi exɔ ge ase be, futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me o. Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃ kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta, ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me. Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo abe ŋkuagbãtɔwo ene. Woƒo ʋu ale gbegbe be, ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o. Amewo doa ɣli ɖe wo ta be, “Midzo le afi sia! Mi ame makɔmakɔwo! Mite yi! Mite yi! Migaka asi mía ŋuti o!” Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la, amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be, “Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.” Yehowa ŋutɔe kaka wo, megale wo ta kpɔm o. Womegadea bubu nunɔlawo ŋu alo vea dumegãwo nu o. Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o; tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me, míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu aɖe mí o la be wòava. Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo. Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe. Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome. O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò. O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/LAM/5-e8f13d35a5c7b4ad539b55de0c5545a0.mp3?version_id=1613,"O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa. Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo. Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo. Ɖe míedzea tsi hafi nona eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake. Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o. Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu. Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o gake woƒe tohehe va mía dzi. Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o. Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna, le yi si le gbegbe la ta. Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta. Wogblẽ Zion nyɔnuwo kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me. Wobla dumegãwo tsɔ ku ati eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o. Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te. Ame tsitsiwo vɔ le agbonu eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso. Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa. Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃! Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam, le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma. O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee, wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime. Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea? O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu be míate ŋu atrɔ agbɔ, wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene. Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ, eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JON/1-65a91d953f725b3dbb04d3f421bd4584.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be, “Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.” Ke nya sia na Yona si le Yehowa nu heɖo ta Tarsis. Eyi ƒutadu aɖe si woyɔna be Yopa la me, eye esi wòyi ɖe melidzeƒe si le afi ma la, ekpɔ meli aɖe si nɔ mɔ dzem yina ɖe Tarsis. Exe ʋuɖofe enumake, eye wòɖo ʋu la hege ɖe meli la ƒe globoeƒe aɖe be yeasi le Yehowa gbɔ. Esi ʋu la dze mɔ yina sẽe ko la, Yehowa dɔ yaƒoƒo sesẽ aɖe ɖa si na be ahom dziŋɔ aɖe tu. Meli la ʋuʋu heyeheye henɔ didim be yeanyrɔ. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo. Meli la ƒe amegã yi ɖe afi si wònɔ la, eye wòdo ɣli ɖe eta be, “Nu ka! Alɔ̃ dɔm wò ya nèle le ɣeyiɣi sia mea? Tso kaba nàyɔ wò mawu, ɖewohĩ akpɔ nublanui na mí tso ahom la me!” Azɔ melikulawo gblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míadzidze nu, akpɔe ɖa be ame kae na dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzi mahã.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi. Ale wo katã wobia gbee zi ɖeka be, “Nu ka nèwɔ, be nèhe ahom sia va mía dzi? Dɔ ka nèwɔna? Dukɔ ka me nètso? Gbe ka gblɔlae nènye?” Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.” Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ. Ƒutsotsoeawo gale agbo dzem ɖe edzi, eya ta wobiae be, “Nu ka míawɔ wò be ƒu la nadze akɔ anyi?” Yona gblɔ na wo be, “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema ahom la nu atso. Elabena menya be tanye ahom la le tutum ɖo.” Ʋukulawo dze agbagba be woaku ʋu la ava gota, gake gbeɖe; womete ŋui o, elabena ƒutsotsoeawo gadze agbo ɖe edzi wu tsã. Ale wodo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, mègabia hlɔ̃ mi ɖe ame sia ƒe agbe ta o. Mègabu fɔ mí be míekɔ ʋu maɖifɔ ɖi o, elabena, O Yehowa, wòe wɔ nu si dze ŋuwò.” Ale wolé Yona, kɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me, eye ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi enumake. Nu si dzɔ la na be ʋua me nɔlawo katã vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, eye wosa vɔ na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ. Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JON/2-61843fa6d1d6116914bad7d0cf9b9e47.mp3?version_id=1613,"Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be, “Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa, eye wòɖo tom. Meyɔe le aʋlime ke, eye Yehowa se nye kokoƒoƒo! Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke; meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye, eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye. Ale megblɔ be, ‘O Yehowa, ènyam ɖa le wò ŋkume. Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’ Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm, eye ƒumegbewo bliba ta nam. Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo le ƒua me la ƒe agu nu ke. Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi. Gake wò Yehowa, nye Mawu, èɖem tso ku ƒe asi me! “Esi nye agbe nu le tsotsom la, meda nye susuwo ɖe dziwò, Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me. “Ame siwo subɔa alakpamawuwo la bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ! Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò, eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò, elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.” Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JON/3-2dff323dd8b377b8cf4e0094ca5f60f9.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be, “Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.” Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme. Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!” Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya. Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me. Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: “Amegbetɔ alo lã, nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o. Amegbetɔwo kple lãwo siaa ata akpanya, woafa avi vevie na Mawu, woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye woaɖe asi le vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti. Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.” Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JON/4-4dc64f97d0dfd1f98facd53c0329ebce.mp3?version_id=1613,"Ke esi Mawu tsɔ Ninivetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, Yona do dɔmedzoe vevie. Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu vɔ̃wo kena. Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.” Yehowa trɔ biae be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe ɖe nu sia ta?” Ale Yona yi ɖanɔ anyi ɖe dua ƒe ɣedzeƒe lɔƒo nublanuitɔe, eye wòtsɔ aŋgbawo wɔ agbadɔe henɔ ete nɔ lalam be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi la ɖa. Yehowa, Mawu na yevukutsati mie heɖo vɔvɔli ɖe Yona tame be wòatsi ŋudɔɖuame la nu. Yona kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le yevukutsati la ŋuti. Ke le fɔŋli la, Mawu na ŋɔ aɖe ɖu yevukutsati la, eye wòyrɔ. Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.” Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!” Yehowa gblɔ nɛ be, “Esi ati si dzi mèkpɔ wòtsi o, eya ŋutɔe mie le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me la ƒe ku le vewòm ale ɖe, ekema nu ka ta nyemakpɔ nublanui na du gã xɔŋkɔ abe Ninive ene, du si me ame akpe alafa ɖeka kple blaeve siwo menya woƒe ɖusi tso woƒe mia gbɔ o la le kpe ɖe woƒe lã gbogboawo ŋu o ɖo?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PHP/1-80292eada2d749097426a6dde4715548.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔe agbalẽ sia tso, Na dzikpɔlawo kple kpeɖeŋutɔwo kpakple Mawu ƒe ame kɔkɔe siwo katã le Filipi. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi. Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me, le kpekpeɖeŋu gã siwo katã mienam le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia la ta. Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi. Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo. Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene. Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me. Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava. Mitse dzɔdzɔenyenye ƒe ku si tso Yesu Kristo me la. Esiawoe ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Mawu. Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ. Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o. Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui. Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti. Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, ke boŋ be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye gaxɔmenɔnɔ ŋu. Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbeƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la, eye esia ta mekpɔa dzidzɔ ɖo. Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me. Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu. Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku gaɖe vi wu. Ke nenye be agbenɔnɔ le ŋutilã me ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o. Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia! Gake nyateƒe lae nye be mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe mi ne mele ŋutilã me. Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ. Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi, eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta, ne megava mia gbɔ. Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mianɔ agbe ɖe Kristo ƒe nyanyui la ŋu, ale be ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka le gbɔgbɔ me kple susu ɖeka sia be miaʋli nyanyui ƒe xɔse la ta dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi. Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã. Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PHP/2-55ce95eef3a31b476435972a59b481fc.mp3?version_id=1613,"Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka wɔ dɔe aduadu. Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me. Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me. Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la, mebui be yesɔ kple Mawu o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do, eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me. Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke! Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake, eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ. Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame, adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te, eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ, hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe. Esia ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu dɔ le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ dɔ vlo o. Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be nyemewɔ dɔ si meɖe vi aɖeke o. Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi. Eya ta miawo hã, mikpɔ dzidzɔ kplim. Mele mɔ kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye. Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa dɔ kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me. Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ vɔ. Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie. Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la. Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam. Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o. Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ. Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PHP/3-21aa6165fc546e67340a4f4491f0ce3f.mp3?version_id=1613,"Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedinɔnɔ. Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o, evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui, elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye. Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye. Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko. Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi, eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu. Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme. Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me la dometɔ ɖeka. Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ. Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome. Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi. Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu. Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo. Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu. Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava, ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PHP/4-71312d3bdc1d5a12365dc26ce101d35b.mp3?version_id=1613,"Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me. Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã. Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!” Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me. Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu. Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi. Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o. Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye. Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me. Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me. Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me. Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko. Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe. Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi. Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu. Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me. Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. Medo gbe na ame kɔkɔewo le Yesu Kristo me. Nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi. Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/1-f4196170cc3f00876be9dc8a99f13843.mp3?version_id=1613,"Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu. Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la, Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm, eye nu siwo le dzo la me la le abe nu gbagbewo ene. Woƒe dzedzeme le abe amegbetɔ tɔ ene, ke mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si. Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene. Amegbetɔ ƒe asi nɔ woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi. Wo ame eneawo katã to mowo kple aʋalawo, eye woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋuti. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; wometrɔa kɔ ne wole yiyim o. Woƒe mowo dzena ale: amegbetɔ ƒe mo li na wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; dzata ƒe mo le ɖusime, nyitsu ƒe mo le miame, eye hɔ̃ ƒe mo li na ɖe sia ɖe. Nenemae woƒe mowo le. Woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve tɔ wo nɔviwo tɔwo le akpa eveawo dzi, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe. Woyia afi sia afi si gbɔgbɔ la yina la, eye wometrɔna yia teƒe bubu aɖeke o. Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme. Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene. Esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖam ƒe afɔ ɖeka le anyigba le nu gbagbe ene siwo si mo le la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ. Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene. Ne woɖe zɔ la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka si nu gbagbeawo trɔ mo ɖo. Ne nu gbagbeawo le yiyim la, tasiaɖam la ƒe afɔawo metrɔna le wo ŋu o. Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo. Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, tasiaɖam ƒe afɔ siwo le wo xa la hã ɖea zɔ, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi. Afi sia afi si gbɔgbɔ la ayi la, woawo hã yina, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi yina, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le afɔawo hã me. Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me. Nane si ɖi tsikpe, keke, le keklẽm, eye wòdzi ŋɔ la, keke ɖe nu gbagbeawo tame. Nu gbagbeawo keke aʋala ɖekaɖeka do ɖe wo nɔewo gbɔ, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve na eɖokui. Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo. Gbe aɖe ɖi tso nu si xe tame na wo la tame esi wotɔ heɖiɖi woƒe aʋalawo. Nane si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi ene la le nu si xe woƒe tame la tame, eye nane si ɖi ame la nɔ fiazikpui la dzi le yame ʋĩi. Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe. Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/2-ffbb5405e6178dbeda25208caf49be5a.mp3?version_id=1613,"Egblɔ nam be, “Ame vi, tso, nànɔ tsitre, eye maƒo nu na wò.” Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam. Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi. Ame siwo gbɔ mele ɖowòm ɖo la nye kɔlialiatɔwo kple tosesẽtɔwo. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ la nye esi. Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome. Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye. Ke wò la, ame vi, lé to ɖe nya si gblɔm mele na wò la ŋu. Mègadze aglã abe ame dzeaglã mawo ene o; ke nu me, eye nàɖu nu si matsɔ na wò.’ ” Mekpɔ nu, eye mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye. Agbalẽ aɖe le asi la me. Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/3-d8f6b6ae2a475b6b7b4ba34b26acb179.mp3?version_id=1613,"Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.” Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene. Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, yi Israel ƒe aƒe la me, eye nàgblɔ nye nya na wo. Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me, menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò. Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo. Ke mawɔ wò màna ta o, wò ŋkume asẽ, eye màna ta o abe woawo ke ene. Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.” Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me. Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.” Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa. Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye Meva ɖo aboyome siwo nɔ Tel Aviv, afi si te ɖe Kebar Tɔsisi la ŋu la gbɔ. Le afi ma, afi si wonɔ la, menɔ anyi ɖe wo dome ŋkeke adre, eye gbɔgblɔ bu ɖem. Le ŋkeke adreawo ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me. Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò. “Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me. Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nu vɔ̃ o, eye mewɔ nu vɔ̃ o la, ekema anɔ agbe, elabena ese nuxɔxlɔ̃ eye àɖe ɖokuiwò.” Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.” Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi. Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me. Ame vi, woabla wò kple ka, woabla wò ale be màte ŋu ado, age ɖe ameawo dome o. Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã. Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/4-92b5805cb04638444881bec812d83df0.mp3?version_id=1613,"“Azɔ la, ame vi, tsɔ anyikpe aɖe, dae ɖe wò ŋkume, eye nàta Yerusalem du la ɖe edzi. Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe. Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la. “Ekema nàmlɔ wò miamekpa dzi, eye nàtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe ɖokuiwò dzi. Ele na wò be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ŋkeke ale si nàmlɔ wò miamekpa dzi. Metsɔ ŋkekewo ƒe xexlẽme ma ke na wò abe woƒe nu vɔ̃wo ƒe ƒewo ƒe xexlẽme ene. Ale hena ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) la, àtsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. “Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu. Trɔ wò mo ɖo ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem gbɔ. Mègatsɔ naneke tsyɔ abɔ o, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu. Mabla wò kple ka ale be màte ŋu atrɔ tso axa ɖeka dzi ayi evelia dzi o va se ɖe esime nàwu wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo nu. “Tsɔ bli, lu, ayi, ƒo kple mɔlu dzra ɖo ɖe ze me, tsɔ wo nàƒo aboloe na ɖokuiwò, eye nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ kple blaasieke (390) siwo me nàmlɔ axadzi. Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ (250) na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, dzidze tsi hin ƒe mama adelia ƒe ɖeka, eye nànoe le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi. Ɖu nu la abe lubolo ene. Mee le ameawo ƒe ŋkume le dzo si wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi la dzi.” Yehowa gblɔ be, “Ale Israelviwo aɖu nu makɔmakɔ le dukɔwo dome, afi si manya wo aɖo ɖo.” Tete megblɔ be, “Ao, Yehowa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ haɖe o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifia la, nyemeɖu nu kuku aɖeke alo lã si lã wɔadãwo vuvu la kpɔ o. Lã makɔmakɔ aɖeke mege ɖe nye nu me kpɔ o.” Egblɔ nam be, “Enyo ŋutɔ; mana nàme wò abolo le dzo si wodo kple nyi ƒe afɔdzi la dzi ɖe esi wodo kple amegbetɔ ƒe afɔdzi teƒe.” Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me, elabena nuɖuɖu kple tsi magabɔ o. Ne wokpɔ wo nɔewo la, woƒe nu aku, eye woatsrɔ̃ le woƒe nu vɔ̃wo ta.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/5-83ba5761e46b8613ed7062bf1c4a0408.mp3?version_id=1613,"“Azɔ, ame vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, wɔ eŋu dɔ abe takola aɖe ƒe hɛ ene, eye nàlũ wò taɖa kple ge. Le esia megbe la, ma ɖa la le nudanu dzi. Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu. Ke ɖe ɖa sue aɖe dzra ɖo ɖe wò awu ƒe biɖedziwo me, eye nàgatsɔ ɖa sue aɖe ade dzo me. Dzo abi tso afi ma age ɖe Israel ƒe aƒe blibo la me. “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esiae nye Yerusalem si metsɔ da ɖe dukɔwo dome, eye anyigba geɖewo ƒo xlãe. Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’ “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Miedze aglã wu dukɔ siwo ƒo xlã mi, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye mielé nye sewo me ɖe asi o. Miaƒe wɔnawo menyo abe dukɔ siwo ƒo xlã mi la tɔwo gɔ hã ene o.’ “Eya ta nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Nye ŋutɔ medo dɔmedzoe ɖe wò, Yerusalem ŋu, eye mahe to na wò le dukɔwo ŋkume. Le miaƒe legba nyɔŋuwo katã ta la, mawɔ nu si nyemewɔ kpɔ o la mi, esi nyemagawɔ gbeɖe o. Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Eya ta meta nye agbe, zi ale si miegblẽ kɔ ɖo na nye Kɔkɔeƒe kple miaƒe legba nyɔŋuwo kple kɔnu vlowo ta la, nye ŋutɔ maɖe nye amenuveve ɖa le mia dzi. Nyemakpɔ nublanui na mi o, eye nyemaɖe mi o. Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’ “Ekema nye dziku nu atso, eye nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu nu abɔbɔ, nye dzi afa, eye woanya be nye, Yehowae ƒo nu kple ŋuʋaʋã nenye be metrɔ nye dziku katã kɔ ɖe wo dzi. “Miazu gbegbe, alɔmeɖenu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome, le emetsolawo katã ƒe ŋkume. Miazu alɔmeɖenu, vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzi na dukɔ siwo ƒo xlã mi ne mehe to na mi le nye dɔmedzoe kple dziku me. Nye Yehowae gblɔe. Ne metsɔ nye dɔwuame ƒe aŋutrɔ siwo hea ku vɛ, eye wogblẽa nu da mi la, mada wo be woatsrɔ̃ mi. Mana dɔwuame nagasẽ ɖe edzi wu tsã le mia dome, eye maxe mɔ na nuɖuɖu ƒe mia gbɔ ɖoɖo. Mana dɔwuame kple lã wɔadãwo nava mia dzi, eye woana viwo maganɔ mia si o. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ava mia dzi, eye matsɔ yi ɖe mia ŋu. Nye Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/6-7a46f447138166c041357b15351d2d7c.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va gbɔnye be, “Ame vi, trɔ mo de Israel ƒe towo; gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo. Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye mawu miaƒe amewo le miaƒe legbawo ŋgɔ. Matsɔ Israelvi kukuwo amlɔ woƒe legbawo ŋgɔ, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo. Afi sia afi si mianɔ la, miaƒe duwo azu aƒedo, eye woagbã miaƒe nuxeƒewo, woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, woagbã miaƒe vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye woatsrɔ̃ nu siwo miewɔ. Woawu miaƒe amewo le mia dome, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ” “Ke maɖe ame aɖewo ya, elabena mia dometɔ aɖewo asi le yinu ne wokaka mi ɖe anyigba dzi kple dukɔwo dome. Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta. Woanya be nyee nye Yehowa; nyemedo ŋɔdzi na wo dzodzro be mahe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzii o.” “Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo. Ame si le adzɔge ʋĩi la, dɔvɔ̃ awui, ame si le kpuiƒe la, yi awui, eye ame si atsi agbe la, aku le dɔwuame ta. Alea mawɔ nye dziku ŋu dɔ ɖe wo ŋutie. Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le. Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/7-afd88d1e77224926d556d29ebc194090.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba: “ ‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi! Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta. Nyemakpɔ nublanui na mi loo alo ana miakpɔ ɖeɖe o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko. “ ‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’ “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “ ‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la! Kpɔ ɖa, eva ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Efɔ eɖokui ɖe ŋutiwò. Kpɔ ɖa, eva ɖo! Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi mi anyigbadzinɔlawo dzi. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o. Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi, eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta. Nyemakpɔ nublanui na mi alo aɖe mi o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu kple ɖe miaƒe ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta. “ ‘Ekema mianya be nye, Yehowae tu nu kpli mi. “ ‘Kpɔ ɖa, ŋkeke la! Kpɔ ɖa, eva ɖo! Dzɔgbevɔ̃e do, ameƒoti do lotoo, eye dada ƒo se. Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o. Ɣeyiɣi de, ŋkeke la va ɖo. Nudzrala megatso aseye, eye nuƒlela megafa konyi o, elabena dɔmedzoe dze ɖe ameha la katã dzi. Anyigbadzrala magbugbɔ eƒe anyigba si wòdzra la axɔ zi ale si wo ame eve la le agbe o, elabena womatrɔ ŋutega si wokpɔ tso ameha blibo la ŋu o. Le woƒe nu vɔ̃wo ta la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi agbe o. “ ‘Togbɔ be woaku kpẽ, eye woawɔ nu sia nu wòasɔ gbe gɔ̃ hã la, ame aɖeke mayi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe bi ɖe ameha la kã. Yi le gota, eye dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me. Yi awu ame siwo le gbedzi, eye ame siwo le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo. Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta. Alɔ ɖe sia ɖe ado agblɔ, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene. Woatsyɔ konyifavɔ, eye woado ŋɔdzi abe awu ene, ŋukpe anɔ mo na wo, eye woalũ ta na wo. “ ‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me. Wodana ɖe woƒe lekewɔnu dzeaniwo dzi, eye wotsɔ wo wɔ woƒe legba nyɔŋuwo kple aklamakpakpɛ vlowo. Eya ta matrɔ nu siawo woazu nu makɔmakɔwo na wo. Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi, eye woagblẽ kɔ ɖo na wo. Matrɔ mo ɖe adzɔge tso wo gbɔ, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe vevi la. Adzodalawo age ɖe eme, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ. “ ‘Miwɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖi, elabena ʋukɔkɔɖi bɔ ɖe anyigba la dzi, eye ŋutasesẽ yɔ dua me. Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo. Ne ŋɔdzi do la, woadi ŋutifafa, gake manɔ anyi o. Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome. Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ, nunɔlawo ƒe sewo fiafia kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o. Fia la afa konyi, dzi aɖe le fiavi la ƒo, eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya. Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu. “ ‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/8-06933d0efc867867e000c072a5c4b2e4.mp3?version_id=1613,"Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma. Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene. Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le. Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le nye ŋkume le afi ma abe ale si wònɔ le ŋutega si mekpɔ le bali la me ene. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.” Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ do aɖe le gli la me. Egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, ku do ɖe gli la me.” Ale meku do ɖe gli la me, eye mekpɔ mɔnu aɖe le afi ma. Eye wògblɔ nam be, “Yi ɖe eme, eye nàkpɔ nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wole wɔwɔm le afi ma” Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo. Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem. Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ” Eye wògagblɔ nam be, “Àkpɔ wo woaganɔ nu siwo nyɔ ŋu wu esiawo gɔ̃ hã la wɔm.” Emegbe la, ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo si le anyiehe la gbɔ, eye mekpɔ nyɔnuwo wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ fafam na Tamuz. Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Èle nu siwo nyɔ ŋu wu esia gɔ̃ hã kpɔ ge.” Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe. Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa! Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/9-954739c223f28279d548a600f2fcd57f.mp3?version_id=1613,"Tete mesee wòdo ɣli sesĩe gblɔ be, “Mikplɔ dua ŋu dzɔlawo va afii, ɖe sia ɖe natsɔ aʋawɔnu ɖe asi” Mekpɔ ame ade wotso dzigbegbo si dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ gbɔna; ɖe sia ɖe lé aʋawɔnu dziŋɔ aɖe ɖe asi. Ame aɖe nɔ wo dome, edo aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye wòkpla agbalẽŋlɔnuwo ɖe eƒe axame. Woge ɖe eme, eye wotsi tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa. Azɔ la, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, afi si wònɔ tsã, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Tete Yehowa yɔ ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, ame si ƒe aklito agbalẽŋlɔnuwo le la, eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.” Esi menɔ to ɖom la, egblɔ na ame bubuawo be, “Midze eyome to du la me, eye miawu amewo. Migakpɔ nublanui na ame aɖeke loo, alo miaƒe dɔ me natrɔ ɖe ame aɖeke ŋu o. Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi. Eye wògblɔ na wo be, “Migblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eye miana ame kukuawo nayɔ eƒe xɔxɔnu. Miyi!” Ale woyi, eye wode asi ameawo wuwu me le du la katã me. Esi wonɔ ameawo wum, eye nye ɖeka metsi anyi la, metsyɔ mo anyi, eye medo ɣli be, “Ao! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nèle Israel ƒe ame mamlɛawo katã tsrɔ̃ ge le wò dɔmedzoe kɔkɔ sia ɖe Yerusalem ŋu la mea?” Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’ Eya ta nyemakpɔ nublanui na wo alo atsɔe ake wo o, ke boŋ mana nu si wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.” Tete ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu, eye agbalẽŋlɔnuwo le eƒe axame la gblɔ be, “Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/10-51ac9bca64f8175fdfe3a1929ee1887c.mp3?version_id=1613,"Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame. Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme. Azɔ la, kerubiawo nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo esi ame la ge ɖe eme, eye lilikpo yɔ xɔxɔnu emetɔ fũu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Lilikpo la yɔ gbedoxɔ la fũu, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la. Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene. Yehowa ɖe gbe na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Ɖe dzo tso tasiaɖamfɔtiawo dome, le kerubiawo dome.” Ŋutsu la yi ɖatsi tsitre ɖe tasiaɖamfɔtiawo dometɔ ɖeka gbɔ. Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go. Woate ŋu akpɔ nane si ɖi amegbetɔ ƒe asi la le kerubiawo ƒe aʋala te. Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene. Wo ame eneawo katã woɖi wo nɔewo; wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ abe tasiaɖamfɔti ɖeka ko wonye ge ɖe nɔvia me ene. Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o. Ŋkuwo nɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa, woƒe dzime, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo ŋu abe ale si wonɔ tasiaɖamfɔti eneawo hã ŋu ene. Mese wonɔ tasiaɖamfɔtiawo yɔm be “yalifɔtiwo.” Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ. Kerubiawo kɔ wo ɖokui dzi. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to. Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o. Ne kerubiawo tɔ la, woawo hã wotɔna, eye ne kerubiawo dzo la, woawo hã wodzona kpli wo, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le gbedoxɔ la ƒe kpui la tame, eye wòtɔ ɖe kerubiawo tame. Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye. Mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si, eye nu si ɖi ame ƒe asiwo la nɔ woƒe aʋalawo te. Woƒe mowo nɔ abe esiwo mekpɔ le Kebar tɔsisi la to ene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yi ŋgɔ tẽe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/11-ca7dc4170cc1a5a23386ee747c1c9a0c.mp3?version_id=1613,"Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome. Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua me. Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la. Eya ta migblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu; ame vi, gblɔ nya ɖi.” Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me. Miewu ame geɖewo le du sia me, eye miaƒe ablɔwo dzi yɔ fũu kple ame kukuwo. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame kuku siwo mietsɔ ƒu gbe ɖe afi ma lae nye lã la, eye du siae nye nuɖaze la, gake manya mi do goe le dua me. Mievɔ̃a yi, eye yie nye nu si matsɔ ɖe mia ŋu.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Manya mi do goe le dua me, ahatsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye mahe to na mi. Miatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. Du sia manye nuɖaze na mi o alo mianye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi, eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.” Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nɔviwò siwo nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu le aboyome kpli wò kple Israel ƒe aƒe blibo la ŋue Yerusalemtɔwo gblɔ le be, ‘Wole adzɔge ke tso Yehowa gbɔ; wotsɔ anyigba sia na mí be wòanye míatɔ.’ ” “Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’ “Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’ “Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa. Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo. Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu. Ke ame siwo ƒe dzi ku ɖe woƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo kple legba nyɔŋuwo ŋu la, mana nu siwo wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Tete kerubiawo keke woƒe aʋalawo esime tasiaɖamfɔtiawo nɔ wo xa, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yi dzi tso dua me, eye wòtɔ ɖe to si le dua ƒe ɣedzeƒe la tame. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me. Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye, eye megblɔ nu siwo katã Yehowa ɖe fiam la na aboyomeawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/12-e22cf86b892a53ad3fd3eac63a918161.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo. “Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã. Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene. Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me. Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.” Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume. Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã. “Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: gbedeasi sia ku ɖe fiavi si le Yerusalem kple Israel ƒe aƒe blibo la me tɔ siwo le afi ma la ŋu.’ Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’ “Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee. “Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o. Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma. Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi. “Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi. Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom. Gblɔ na anyigba la dzi tɔwo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso ame siwo le Yerusalem dua me kple Israel ƒe anyigba dzi la ŋu. Woaɖu woƒe nu le dzimaɖeɖi me, eye woano woƒe tsi le dziɖeleameƒo me, elabena woaɖe nu siwo katã le anyigba la dzi ɖa le ame siwo katã le afi ma la ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta. Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’ Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo. Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o. Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’ “Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/13-fc32bbc81bc35818ce723e28abedcd2e.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o! O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene. Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o. Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme. Ɖe miekpɔa aʋatsoŋutegawo, eye miekaa alakpanu esi miegblɔ be, “Yehowae gblɔe” evɔ nyemegblɔ nenema oa? “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ” “Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la, eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu. Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu. Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa. Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o. Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’ “Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu, nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa? Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’ “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene. Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la, miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/14-81c7cd85cadbe2fb7166700cd1448f6a.mp3?version_id=1613,"Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbɔnye, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ame siawo li legbawo ɖe woƒe dzi me, eye woɖi afɔklinu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe ŋkume. Ɖe mana woabia gbem mahã? Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu. Mawɔ alea ale be magbugbɔ Israel ƒe ame siwo katã gblẽm ɖi le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo axɔ.’ “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’ “ ‘Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le Israel gbe nu le gbɔnye, eye wòɖo legbawo ɖe eƒe dzi me hetsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi aɖe ɖo eƒe ŋkume hafi yi nyagblɔɖila aɖe gbɔ be yeabia nyae tso ŋunye la, nye Yehowa ŋutɔ, maɖo nya la ŋu nɛ. Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’ “ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel. Ame sia ame atsɔ eƒe vodada, nyagblɔɖila la kple ame siwo bia gbee siaa, woanye vodalawo. Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ne dukɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutinye, eye meto nyateƒe nam o la, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu be maɖo asi eƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe dzi; ekema dɔwuame ava edzi, eye mawu eƒe amewo kple eƒe lãwo, nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Alo ne meɖo lã wɔadãwo ɖa be woato anyigba ma dzi, eye wowu wo viwo katã, eye anyigba la zu gbegbe, ale be ame aɖeke magate ŋu ato edzi ayi o le lã wɔadãawo ta la, Aƒetɔ Yehowa be yeta yeƒe agbe be ne ame etɔ̃ siawo anɔ wo dome gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ɖeɖe koe akpɔ ɖeɖe, ke anyigba la ya azu gbegbe. “Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be, ‘Yi la nato anyigba la dzi,’ eye mewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ ƒe agbe be, ne ame etɔ̃ siawo nɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ko woaɖe. “Alo ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe anyigba ma dzi, eye meɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe edzi to ʋukɔkɔɖi me hewu eƒe amewo kple woƒe lãwo la, Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye. “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Aleke gbegbe wòagasẽ wu ne medɔ nye ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ ene siawo, yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔvɔ̃ ɖa ɖe Yerusalem ŋu be woawu eƒe amewo kple eƒe lãwo siaa! Ke agbetsila aɖewo anɔ anyi anye viŋutsu kple vinyɔnu siwo woaɖe tso eme. Woaʋu le mia gbɔ, eye ne mekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miaƒe akɔ afa le dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe si mehe va Yerusalem dzi la ta. Woafa akɔ na mi ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo, elabena mianya be nyemewɔ naneke dzodzro o.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/15-2c840988780b9aa8b199fd9c0ced1731.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, aleke wainka nyo wu avemeti ƒe alɔe? Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua? Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale eŋua? Ne womete ŋu wɔ eŋu dɔ na naneke esime wònɔ blibo o la, aleke woate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ awɔ nane si ŋu ŋudɔwɔnu le esime dzo bii, eye wòzu aka? “Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si metsɔ wainti de avemetiwo dome abe nake ene la, nenema kee mawɔ ame siwo le Yerusalem. Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa. Mana anyigba la nazu gbegbe, elabena wogbugbɔ le yonyeme.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/16-be0eab5c355600ad82123eac4ac00b96.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae. Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ. Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo si dze ɖe ŋuwò alo xatsa avɔ ɖe ŋutiwò o. Ame aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ale be woawɔ nu siawo na wò o; ke boŋ wotsɔ wò ƒu gbe ɖe gbedadaƒo, elabena gbe si gbe wodzi wò la, wodo vlo wò.’ “Esi metso eme va yina la, mekpɔ wò nènɔ afɔ dam le wò ʋu me. Esi nènɔ wò ʋu me la, megblɔ na wò be, ‘Tsi agbe.’ Mena nètsi abe ati si le gbedzi ene. Ètsi eye nètrɔ zu kpe xɔasi dzeanitɔ abe ɖetugbi vavã aɖe ene. Ète no, ɖa to mlɔmlɔmlɔ ɖe wò ame si nɔ ƒuƒlu la ŋu. “Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Mele tsi na wò, klɔ ʋu ɖa le ŋuwò, eye mesi ami na wò. Meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye medo afɔkpa na wò. Medo aklalawu nyuitɔ kple awu xɔasitɔ na wò. Metsɔ kpe xɔasinuwo ɖo atsyɔ̃ na wò. Medo abɔgɛ ɖe abɔ na wò, eye medo kɔga ɖe kɔ na wò; medo ŋɔtigɛ ɖe ŋɔti na wò, medo togɛwo ɖe to na wò, eye meɖɔ fiakuku dzeani aɖe na wò. Ale wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃e na wò. Wò avɔwo nye aklala biɖibiɖi, seda kple avɔ ŋɔŋɔe. Wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple amitime. Èva dze tugbe ŋutɔ, eye nèyi dzi va zu fianyɔnu. Wò ŋkɔ de dzi kaka ɖe dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena atsyɔ̃ si meɖo na wò la na wò tugbedzedze de blibo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Ke èɖo ŋu ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye nèwɔ wò ŋkɔxɔxɔ ŋu dɔ hezu gbolo. Ènyoa dɔ me na ame sia ame si tsoa eme va yina, eye wò tugbedzedze zua etɔ. Ètsɔ wò avɔ aɖewo wɔ nuxeƒewo, eye nèwɔa gbolo le afi ma. Nu siawo madzɔ, eye womava eme hafi o. Ètsɔ nu dzeani siwo mena wò, nu siwo wotsɔ nye sika kple klosalo wɔe la wɔ ŋutsulegbawo na ɖokuiwò, eye nèwɔ gbolo kpli wo. Ètsɔ wò avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖo woƒe ŋkume. Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuɖuɖu siwo mena wò, siwo nye wɔ memee, ami kple notsi abe wò nuɖuɖu ene la, ètsɔ wo ɖo woƒe ŋkume abe vɔsa ʋeʋĩ lilili ene. Esiae va eme. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa? Èwu vinyewo, eye nètsɔ wo sa vɔe na legbawo. Le wò ŋunyɔnuwo katã kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime nènɔ amama kple ƒuƒlu, eye nènɔ afɔ dam le wò ʋu me la dzi o. “Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la, ètu trɔ̃xɔ gãwo ɖe ablɔ gãwo me na ɖokuiwò kple nuxeƒe ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe. Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me. Èwɔ gbolo kple Egiptetɔwo, wò aƒelika gbegblẽwo, eye nèdo dɔmedzoe nam kple wò gbolowɔwɔ si le edzi yim wu tsã. Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na. Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o. Ale nèyi gbolowɔwɔ dzi wu, eye wòlɔ asitsalawo ƒe anyigba, Babilonia ɖe eme. Ke esia gɔ̃ hã meɖi kɔ na wò o.” Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene! Esi nètu wo trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe nu, eye nèɖo wò nuxeƒe kɔkɔwo ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe la, mèɖi gbolo aɖeke o, elabena èdo vlo gbologaxɔxɔ. “Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò! Gbolo ɖe sia ɖe xɔa ga, gake wò ya ènaa nu ŋutsu siwo nèwɔa gbolo kplii la katã, ènaa zãnu wo ale be woatso afi sia afi ava wɔ ahasi kpli wò. Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o. “Eya ta wò gbolo, se Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Esi nètsɔ wò kesinɔnuwo na la, èna ŋutsuwo kpɔ wò amame le wò gbolowɔwɔ me, eye le wò ŋukpenalegbawo katã ta kple esi nètsɔ viwòwo ƒe ʋu na wo ta la, mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la. Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò. Ekema matsɔ wò ade asi na wò ahiãviawo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo kple nuxeƒe kɔkɔwo. Woaɖe wò awuwo le ŋuwò, woaxɔ wò sikanu dzeaniwo, eye woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu. Woana ame aɖewo natso ɖe ŋuwò. Ame siawo aƒu kpe wò, eye woafli wò kple woƒe yiwo. Woatɔ dzo wò aƒewo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye màgaxe fe na wò ahiãviwo o. Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’ “Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa? “Ame sia ame si doa lo la, ado lo sia tso ŋuwò, ‘Ale si vinɔ le la, nenemae via nyɔnu hã nɔna.’ Vavã ènye dawò, ame si do vlo srɔ̃a kple viawo la ƒe vinyɔnu, eye vavã, ènye nɔvinyɔnu na nɔviwò nyɔnuwo, ame siwo do vlo wo srɔ̃ŋutsuwo kple wo viwo. Dawò nye Hititɔ, eye fofowò nye Amoritɔ. Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom. Mienɔ agbe abe woawo ene ɖeɖe ko o, eye miewɔ woƒe ŋukpenanuwo hã ko o, ke boŋ le miaƒe wɔnawo katã me la, èwɔ nu vlowo wu woawo gɔ̃ hã. Aƒetɔ Yehowae gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnu Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ nu si wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ o.’ “Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o. Ale wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wowɔ ŋukpenanuwo le nye ŋkume. Eya ta meɖe wo ɖa abe ale si miekpɔe ene. Samaria mewɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ la ƒe afã o. Èwɔ ŋukpenanuwo wu woawo, eye miena mia nɔvinyɔnuwo dze ame dzɔdzɔewo to nu siwo katã nèwɔ la me. Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò. “ ‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu, ale be nàtsɔ wo vlodoame, eye ŋu nakpe wò le nu siwo katã nèwɔ hena akɔfafa na wo ta. Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ. Màyɔ nɔviwò nyɔnu Sodom ƒe ŋkɔ le wò dadaɣi, hafi woava klo nu le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu o. Azɔ la, èzu Edom ƒe vinyɔnuwo kple ame siwo ƒo xlã wo kple Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo ƒe vlodonu, ame siwo katã ƒo xlã wò, eye wodo vlo wò. Àde ta wò ŋukpenanuwɔnawo kple wò ŋunyɔnuwo ƒe yomedzenu te.’ ” Yehowae gblɔe. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Matu nu kple wò abe ale si dze wò ene, elabena èdo vlo nye atam to nye nubabla tutu me. Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò. Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o. Ale mabla nu kple wò, eye nànya be nyee nye Yehowa. Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/17-6c6f35ae0b332dd1bd19a0a2acabfc0e.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, to adzo, eye nàgblɔ lododo aɖe na Israel ƒe aƒe la. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la, eŋe eƒe ɖɔme hetsɔ yi asitsalawo ƒe anyigba dzi, eye wòdoe ɖe asitsalawo ƒe du gã aɖe me. “ ‘Etsɔ miaƒe anyigba ƒe ku aɖe, eye wòdoe ɖe anyigba nyui aɖe dzi. Edoe abe amuti ene ɖe afi si tsi sɔ gbɔ ɖo. Ati la dze, eye wòzu wainti kpehe aɖe si ƒe alɔwo vu. Eƒe alɔwo trɔ ɖo ɖe egbɔ, ke eƒe kewo ya nɔ ete. Ale wòzu wainti toalɔwo, eye aŋugbawo vu ɖe eŋu. “ ‘Ke hɔ̃ gã bubu aɖe li, si ŋu aʋala sesẽ nɔ, eye wòto fu kpoyo. Wainka la trɔ eƒe kewo ɖo ɖe egbɔ tso afi si wodoe ɖo, eye wòkeke eƒe aʋalawo hena tsii. Wodoe ɖe anyigba nyui aɖe si dzi tsi bɔ ɖo, ale be wòato alɔ, atse ku, eye wòazu wainti nyui aɖe.’ “Gblɔ na wo be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ɖe wòava eme nenema? Ɖe womahoe, eye woagbe eƒe kutsetsewo, ale be wòaku oa? Eƒe alɔ yeyewo katã aku. Menye abɔ sesẽ aɖe alo ame geɖewoe ahoe kple ke o. Ne woahoe ado gɔ̃ hã ɖe, adzea? Ɖe maku keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo lɔe oa? Ɖe maku le afi si wòtsi le oa?’ ” Eye Yehowa ƒe nya va nam be, “Gblɔ na ƒome dzeaglã la be, ‘Ɖe miese nu siawo gɔme oa?’ Gblɔ na wo be, ‘Babilonia fia yi Yerusalem, eye wòkplɔ eƒe fia kple bubumewo yi Babilonia. Elé fiaƒomea me tɔ aɖe, wɔ nubabla kplii, eye wòka atam nɛ. Ekplɔ anyigba la ƒe ame ŋkutawo dzoe, ale be wòate fiaɖuƒe la ɖe to, magate ŋu afɔ o, eye wòatsi agbe ne ewɔ nubabla la dzi ko. Ke fia la dze aglã ɖe eŋu esi wòɖo eƒe amewo ɖe Egipte be woaxɔ sɔwo kple aʋakɔ gã aɖe vɛ. Adze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia tɔgbi la ate ŋu asia? Ɖe wòatu nubabla la, gake ate ŋu asia?’ “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, aku ɖe Babilonia, ɖe fia si ɖoe zi dzi la ƒe anyigba dzi, ame si ƒe atam wòdo vloe kple ame si ƒe nubabla wòtu. Farao kple eƒe aʋakɔ triakɔ la kple eƒe ameha gã mana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa me ne woƒo kpo ɖe eŋu, eye wotu xɔ tsralawo be woawu ame geɖewo o. Edo vlo atam la to nubabla la tutu me. Esi wòlɔ̃ ɖe nubabla la dzi hafi wɔ nu siawo katã ta la, mate ŋu asi o.’ “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Zi ale si mele agbe la, mana nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu la nava eƒe ta dzi. Makeke nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, eye mabu fɔe le afi ma, elabena meto nyateƒe nam o. Eƒe aʋawɔla siwo le sisim la katã atsi yi nu, eye eƒe agbetsilawo akaka ɖe yawo katã nu, ekema mianya be nye Yehowae gblɔe.’ “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Nye ŋutɔ maŋe sedati aɖe ƒe ɖɔme tso etame ke, eye madoe. Maŋe eƒe ɖɔme ado, eye madoe ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te. Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/18-51ad13e45d3d485809b346d1c48b977e.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam. “Nya ka gblɔm amewo le ne wodo lo sia tso Israel ŋu be, “ ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbowo, eye aɖu nyɔ wo viwo?’ ” “Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, miagado lo sia le Israel o. Elabena luʋɔ ɖe sia ɖe nye tɔnye, fofo kple vi, wo ame eveawo siaa nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku!’ “Le kpɔɖeŋu me, ne ame dzɔdzɔe aɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wole eteƒe Meɖua nu le nuxeƒewo, le tawo dzi loo alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa nɔvia srɔ̃ gbɔ o. Alo dɔa nyɔnu gbɔ ne ekpɔ dzinu o. Metea ame aɖeke ɖe to o. Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wònaa nutata amamanɔla. Medoa ga, xɔa deme ɖe edzi o, alo baa ame o. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe le ame kple ehavi dome. Ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye seawo dzi nyateƒetɔe. Ame ma nye ame dzɔdzɔe, eye wòanɔ agbe godoo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Le kpɔɖeŋu me, ne viŋutsu sẽŋuta aɖe le esi, ame si kɔa ʋu ɖi, eye wòwɔa nu vɔ̃ bubu siawo dometɔ aɖe, togbɔ be fofoa ya mewɔa nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o hã. Eɖua nu le nuxeƒewo le towo dzi, Edɔna kple nɔvia srɔ̃. “Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to. Edaa adzo ame. Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o. Ekpɔa legbawo dzi ɖa. Ewɔa ŋukpenanuwo. Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame. Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. “Ke ne viŋutsu sia dzi viŋutsu, ame si kpɔa nu vɔ̃ siwo katã fofoa wɔna, gake togbɔ be ekpɔ fofoa ƒe nu vɔ̃wo hã la, mewɔa nu vɔ̃ ma tɔgbiwo o. “Meɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi o, alo kpɔa Israel ƒe aƒe ƒe legbawo dzi ɖa o. Medɔa ehavi srɔ̃ gbɔ o. Metea ame aɖeke ɖe to o, eye mexɔa awɔbanu hafi doa ga na ame o. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye wònaa nutata amamanɔlawo. Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye mexɔa deme alo baa ame o. Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu. Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo. Ke fofoa ya aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, elabena exɔa nu sesẽtɔe le ame si, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu si gblẽ la le eƒe amewo dome. “Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo. Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ nɛ. “Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ŋuti, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye wòwɔ nu si dzɔ, henyo la, anɔ agbe godoo; maku o. Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe. Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku. “Ke miegblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ ” See, O! Israel ƒe aƒe. Ɖe nye mɔ mele eteƒe oa? Menye miawo boŋ ƒe mɔwoe mele eteƒe oa? Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku le eta. Le nu vɔ̃ si wòwɔ ta la, aku. Ke ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo la, aɖe eƒe agbe. Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o. Ke Israel ƒe aƒe le gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o?” Menye miawo ƒe mɔwo boŋue mele eteƒe oa? Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o. Miɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, eye miaxɔ dzi yeye aɖe kple gbɔgbɔ yeye aɖe. Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe? Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/19-23f2dd26263ba5dcd1402a08ccd69002.mp3?version_id=1613,"“Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be, “ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo. Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna. Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme, wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi. “ ‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la, ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu, wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe. Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna. Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi, eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo. Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la kple ame siwo katã nɔ edzi Tete dukɔ siwo tso nuto ma me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me. Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me, eye wokɔe yi na Babilonia fia. Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o. “ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta. Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ. Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta, edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta. Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo. Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe, anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o. Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/20-6f5a0fd2f272191fc5a3d9e835adf730.mp3?version_id=1613,"Le ƒe adrelia ƒe ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbe bia ge Yehowa, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema tsɔ wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwɔnawo ɖo woƒe ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.” Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã. Megblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi mieda ŋku ɖo la ŋu, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple Egipte legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ Yehowa, miaƒe Mawu la.” “ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte. Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le. Eya ta mekplɔ wo dzoe le Egipte yi gbegbe la. Metsɔ nye ɖoɖowo na wo, eye mena wonya wo to nye seawo me, elabena ame si awɔ nye seawo dzi la, anɔ agbe. Kpe ɖe esia ŋu la, metsɔ nye Dzudzɔgbewo na wo abe dzesi si le mía dome ene, ale be woanya be, Yehowae wɔ wo wozu kɔkɔe. “ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la. Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le. Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o; elabena wogbe nye seawo, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe dzi ku ɖe woƒe legbawo ŋu. Ke mekpɔ nublanui na wo, eye nyemetsrɔ̃ wo le gbea dzi o. Megblɔ na wo viwo le gbea dzi be, “Migazɔ ɖe mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migawɔ woƒe sewo dzi o, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple woƒe legbawo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe nye seawo dzi. Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.” “ ‘Ke ɖeviawo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye womekpɔ egbɔ be yewoawɔ ɖe nye seawo dzi o, togbɔ be mena wonya be, ame siwo wɔ ɖe wo dzi la anɔ agbe hafi. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe wo dzi le gbea dzi. Gake megbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye le nye ŋkɔ ta la, mewɔ nu si mado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo dzoe le la gbɔ o. Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi, eye meka atam na wo le gbea dzi be mama wo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ɖe anyigbawo dzi, elabena womewɔ ɖe nye sewo dzi o, ke wogbe nye ɖoɖowo, wodo gu nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo biã ɖe wo fofowo ƒe legbawo ŋu. Metsɔ ɖoɖo siwo menyo o kple se siwo nu womate ŋu anɔ agbe ɖo o la hã na wo. Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’ “Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme. Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’ Ale mebia wo be, ‘Nuxeƒe kae nye esi mieyi?’ ” (Woyɔa teƒe sia be “Bama” si gɔmee nye nuxeƒe va se ɖe egbe.) “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua? Ne mietsɔ mia viwo sa vɔe le dzo me abe nunana ene la, mieyi gudodo mia ɖokuiwo dzi kple miaƒe legbawo va se ɖe egbe. Ɖe mana miabia gbem mahã, O! Israel ƒe aƒe? Meta nye agbe be nyemaɖe mɔ miabia gbem o’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Miebe míedi be míanɔ abe dukɔ bubuwo ene, abe xexemetɔwo ene, ame siwo subɔa ati kple kpe! Ke nu si le ta me na mi la, mava eme gbeɖe o.’ Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta nye agbe be maɖu mia dzi kple asi sesẽ kple abɔ si medo ɖe dzi kple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la. Makplɔ mi vɛ tso dukɔwo dome, eye maƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la kple asi sesẽ kpakple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la. Makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbedzi, eye le ŋkume kple ŋkume, le afi ma la, mabu fɔ mi. Mahe to na mi abe ale si mehe to na mia fofowo le Egipte gbegbe la ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Malé ŋku ɖe mia ŋu, mianɔ nye ameƒoti te, eye makplɔ mi ade nubabla ƒe sewo te. Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ “Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o. Elabena le nye to kɔkɔe si nye Israel ƒe to kɔkɔ la dzi la, Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le anyigba ma dzi, eye le afi ma la, maxɔ wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Le afi ma la, mahiã miaƒe nunana xɔasiwo kple miaƒe vɔsa kɔkɔewo. Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, ne mekplɔ mi va ɖo Israelnyigba si mekɔ asi dzi heka atam be matsɔ ana mia fofowo la dzi. Le afi ma la, miaɖo ŋku miaƒe nɔnɔme kple nu siwo katã miewɔ hegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo la dzi, eye ŋukpe alé mi ɖe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ta. Mianya be nyee nye Yehowa, ne mehe to na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye le miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe nu gbegblẽwo wɔwɔ nu o.’ O! Israel ƒe aƒe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe dziehe lɔƒo, gblɔ nya tsi tsitre ɖe dziehenyigba ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Negebnyigba ƒe avewo ŋuti. Gblɔ na ave si le Negeb la be, ‘Se Yehowa ƒe nya. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matɔ dzo wò, eye dzo la afia wò atiwo katã, ati mumuwo kple ƒuƒuawo siaa. Womatsi dzo la o, eye wòafia ŋkume ɖe sia ɖe tso dziehe yi anyiehe. Ame sia ame akpɔe be nye Yehowae do dzo la, eya ta womatsii o.’ ” Eye megblɔ be, “Aa, Aƒetɔ Yehowa! Wole gbɔgblɔm tso ŋunye be, ‘Menye lo ko dom wòle oa?’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/21-04d1f96c993ab80f8d7c51d2dd4aa909.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa. Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe. Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’ “Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ. Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Yi, yi, wonyree eye wotutu eŋuti wòle dzo dam. Wonyree hena amewuwu wotutu eŋu be wòada dzo abe dzikedzo ene! “ ‘Ɖe míatso aseye le vinye Yuda ƒe fiatikplɔ ŋua? Yi doa vlo ati ma tɔgbi ɖe sia ɖe. “ ‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi, woanyree, asiae, eye woawɔe wòasu te na amewula la ƒe zazã. Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta. “ ‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ “Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe. Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã. Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu, yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi. Ale be dziwo nalolo banaa, eye ame kukuawo nasɔ gbɔ. Meda amewuyi la ɖe woƒe agbowo katã nu. O! Wowɔe be woake dzo abe dzikedzo ene, wolée na amewuwu. O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame, afi sia afi si wo yi la nu trɔ ɖo. Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ. Nye Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam. “Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me. De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu, elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti. Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu. Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’ “ ‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi. Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’ “Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ. Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la, woatsɔe ada ɖe kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi siwo wole wuwu ge, ame siwo ƒe ŋkeke de, eye woƒe tohehe ƒe ɣeyiɣi ɖo eƒe kɔkɔƒe. Tsɔ yi la de eƒe aku me. Madrɔ̃ ʋɔnu wò le teƒe si wowɔ wò le, le fofowòwo ƒe anyigba dzi. Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me. Ànye nake na dzo, woakɔ wò ʋu ɖi le wò anyigba dzi, womagaɖo ŋku dziwò o, elabena nye Yehowae gblɔe.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/22-4049953f5bd0e20ec0c8ea7595a5513e.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be: “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me. Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã. Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya. “ ‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa. Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti. Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo. Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le. Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu. Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Maƒo asikpe kplokplokpo kokoko le viɖe madzɔmadzɔ si miekpɔ kple ʋu si miekɔ ɖi le mia dome la ta. Ɖe dzi anɔ mia ƒo alo miaƒe asiwo asẽ ŋu le ŋkeke si matu nu kple mi la dzia? Nye, Yehowae ƒo nu, eye mawɔe hã. Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu. Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’ ” Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam. “Ame vi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋɔka nam; wo katã wonye akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi si susɔ ɖe kpodzo me. Wole ko abe klosaloŋuka ene. Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem. Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi. Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi. Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ” Yehowa ƒe nya gava nam be, “Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’ Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme. Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome. Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo. Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi. Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o. “Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o. Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/23-9632806e720fc9568d1d0c4642859546.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, nyɔnu eve aɖewo, dada ɖeka ƒe vinyɔnuviwo nɔ anyi. Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye nɔvia tɔe nye Oholiba. Wonye tɔnyewo, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nam. Oholae nye Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem. “Ohola nɔ gbolo wɔm le esime wòganye tɔnye ko, eye wòtiaa eƒe ahiãviwo yome vevie. Ame siawo nye aʋawɔlawo tso Asiria, wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo. Etsɔ eɖokui abe gbolo ene na Asiriatɔwo ƒe ame ŋkutawo katã, eye wòtsɔ ame sia ame si yome wòtina vevie la ƒe legbawo do gu eɖokui. Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo. “Eya ta metsɔe na eƒe ahiãviwo, Asiriatɔwo, ame siwo yome wòtina vevie. Woɖe amamae, kplɔ via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe, eye wowui kple yi. Ezu lodonya le nyɔnuwo dome, eye wohe to nɛ. “Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ nu sia, gake ede ŋgɔ le eƒe ŋutsuwo yometiti kple gbolowɔwɔ me wu nɔvia nyɔnu. Eya hã ti Asiriatɔwo, mɔmefiawo kple aʋafia gãwo, aʋawɔla, siwo le asrafowu me, sɔdolawo; ame siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo yome. Mekpɔe be eya hã do gu eɖokui, eye wo ame eve la siaa to mɔ ɖeka ma. “Gake eya gatsɔ gbolowɔwɔ yi ŋgɔe wu. Ekpɔ wota ŋutsuwo ɖe gli aɖe ŋu. Wota Babiloniatɔwo kple aŋɔ dzĩ, alidziblanu le ali dzi na wo, eye tablanu gã le ta na wo. Wo katã woɖi Babiloniatɔwo ƒe tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo, eye wonye Babiloniatɔwo. Esi wòkpɔ wo ko la, wodzroe, eye wòdɔ amewo ɖe wo le Babilonia. Babiloniatɔwo do gui. Esi wodo gui vɔ la, etrɔ le wo yome kple dɔmedzoe. Esi wòyi eƒe gbolowɔwɔ dzi le gaglãgbe, eye wòɖe amama fia amewo ta la, meɖe asi le eŋu kple dɔmedzoe abe ale si meɖe asi le nɔvia nyɔnu ŋu kple dɔmedzoe ene. Ke egayi gbolowɔwɔ dzi wu esi wòɖo ŋku eƒe ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime wònye gbolo le Egipte. Le afi ma la, eti eƒe ahiãviwo yome. Woƒe ŋutsu le abe tedzitsuwo tɔ ene, eye woƒe ŋutsunu le abe sɔtsuwo tɔ ene. Ale ŋukpenanu siwo nèwɔ le wò ɖetugbime gadzro wò esime nènɔ Egipte, woli asi wò akɔnu, eye wolé wò ɖetugbimeno. “Eya ta Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Made ada ta me na wò ahiãviwo, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe, eye makplɔ wo vɛ woatso ɖe ŋuwò tso axa ɖe sia ɖe dzi. Babiloniatɔwo, ame siwo katã tso Babilonianyigba dzi, ŋutsuwo tso Pekod kple Soa kple Koa kple Asiriatɔwo katã, kpe ɖe wo ŋu. Wonye ɖekakpui dzeɖekɛwo. Wo katã wonye mɔmefiawo, dumegãwo, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kple ame ŋkutawo, eye wo katã woganye sɔdolawo. Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu. Matrɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatu nu kpli wò kple dɔmedzoe. Woakpa ŋɔti kple towo na wò, eye mia dometɔ siwo atsi anyi la, atsi yinu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo adzoe, eye dzo afia mi ame siwo asusɔ. Woaɖe wò avɔwu ɖa le ŋuwò, eye woatsɔ wò sikanuwo adzoe. Ale matɔ te ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ si gɔme nèdze le Egipte. Nu siawo magadzro wò o, eye màgaɖo ŋku Egipte dzi azɔ o.’ “Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esusɔ vie matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo yome nètrɔ le kple dɔmedzoe. Woatu nu kpli wò kple fuléle, eye woatsɔ wò nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu, eye woahe wò gbolowɔwɔ ƒe ŋukpe ɖe go. Wò ŋukpenanuwo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ woe he nu siawo va dziwò, elabena èdze dukɔwo yome, eye nèdo gu ɖokuiwò kple woƒe legbawo. Èdze nɔviwò nyɔnu yome, eya ta matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.’ “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Àno nɔviwò nyɔnu ƒe kplu, kplu si lolo, eye wòde eme, ahe vlododo kple koko vɛ, elabena nu geɖewo le eme. Ahamumu kple nuxaxa ayɔ mewò. Nɔviwò nyɔnu, Samaria, ƒe kplu nye tsɔtsrɔ̃ kple aƒedozuzu ƒe kplu. Ànoe wòavɔ le eme ƒiaƒiaƒia, aɖuɖɔ eƒe gbagbãwo eye nàde abi wò nowo ŋu. Aƒetɔ Yehowa be, yee gblɔe. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, ele na wò be nàtsɔ wò ŋukpenanuwɔwɔwo kple wò gbolowɔwɔ ƒe yomedzenuwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume, elabena wowɔ ahasi, eye ʋu ƒo asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo; wotsɔ wo vi siwo wodzi nam la sa vɔe gɔ̃ hã abe nuɖuɖu na woƒe legbawo ene. Wogawɔ esia ɖe ŋunye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodo gu nye kɔkɔeƒe la, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Le ŋkeke si dzi wotsɔ wo viwo sa vɔe na woƒe legbawo la, gbe ma gbe tututue woge ɖe nye kɔkɔeƒe la, eye wodo gui. Nu mae wowɔ le nye aƒe me. “Gawu la, woɖo du ɖe ŋutsuwo, ame siwo va tso didiƒe, eye esi wova ɖo la, miele tsi na mia ɖokuiwo, miesi nu yibɔ ɖe miaƒe aɖaba te, eye miede miaƒe sikanuwo. Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo. “Ameha aɖe ƒe howɔwɔ ƒo xlãe. Wokplɔ Sabeatɔwo tso gbegbe kpli wo vɛ, eye wotsɔ abɔgɛwo de abɔwo na nyɔnu la kple nɔvia nyɔnu, eye woɖɔ fiakuku dzeaniwo na wo. Megblɔ tso ame si ŋu wɔna vɔ le le ahasiwɔwɔ ta be, ‘Azɔ la, mina woazãe abe gbolo ene, elabena eya koe nye nu si wònye.’ Eye wodɔ egbɔ. Abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolo gbɔ ene la, nenema wodɔ nyɔnu ŋukpenanuwɔla, Ohola kple Oholiba gbɔe. Ke ŋutsu dzɔdzɔewo ada nyɔnu ahasitɔwo kple ʋukɔɖilawo ƒe tohehe ɖe wo dzi, elabena wonye ahasitɔwo, eye ʋu ƒo asi na wo. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kplɔ ameha aɖe vɛ ɖe wo ŋu, eye nàtsɔ wo ade asi na ŋɔdzinuhaha.’ Ameha la aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, eye woatɔ dzo woƒe xɔwo. “Ale matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba la dzi, ale be nyɔnuwo katã nakpɔ nuxɔxlɔ̃, eye womaganɔ agbe abe woawo ene o. Miaxɔ miaƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ƒe tohehe, eye miatsɔ miaƒe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Ekema mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/24-082686cf912994d0ca892bdbd790a151.mp3?version_id=1613,"Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi. Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’ “Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi, tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme. Tsɔ lã la de ze la me. Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo, lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti. Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo. Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me, eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa. Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme. “Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Babaa na hlɔ̃dodu la, babaa na nuɖaze si lé ɣebia, eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o! Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me, gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o. “Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome. Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, mekɔe ɖe anyigba dzi, afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o. Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la, mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le. Nye hã mali kɔ nake wòakɔ. Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo. Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme, eye nàna ƒuawo nafia. Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ, ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia. Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro; womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o. “ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ. “ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o. Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.” Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la. Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?” Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be, Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o. Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome. Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ “Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la, gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò. Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/25-23551b7fcbda81b503e3ec4dc82138b1.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu. Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la, matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi. Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la, maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi. Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o, eye mahe to na Moabtɔwo vevie. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan. Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu. Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/26-9403398317799ba093d276df75332f13.mp3?version_id=1613,"Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene. Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu Le atsiaƒu me la, azu ɖɔsiaƒe. Nyee ƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Azu nuhaha na dukɔwo, eye eƒe duwo le anyigba la dzi me tɔwo atsi yinu. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe. Atsɔ yi awu wò du siwo le anyigba dzi la me tɔwo, atu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò. Atrɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye wòatsɔ eƒe aʋawɔnuwo agbã wò xɔ tsralawo. Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene. Eƒe sɔwo ƒe afɔkliwo agblẽ nu le wò ablɔwo katã dzi, awu wò amewo kple eƒe yi, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi. Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me. Mana wò hadzidzi ƒe ɖiɖi sesĩe nu natso, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o. Mana nàzu agakpe si le ƒuƒlu, eye nàzu teƒe si woasia ɖɔwo ɖo. Womagbugbɔ wò atu akpɔakpɔ o, elabena, nye Yehowae ƒo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa? Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò. Ekema woadzi konyifahawo ɖe ŋuwò, eye woagblɔ nya siawo na wò. “ ‘Aleke ƒudzitɔwo gbã wò, o, du xɔŋkɔ! Ènye ŋusẽ nɔ ƒuwo dzi kpɔ, wò kple wò amewo, mienye ŋɔdzi na ame siwo katã nɔ afi ma. Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’ ” Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la, ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o. Mana wò nuwuwu nadzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o. Woadi wò, gake womagakpɔ wò akpɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/27-3f72e3a1d0c087da0635301b77b0e3ec.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu. Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Ègblɔ be, ‘Tiro, mede blibo le nyonyo me.’ Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi, ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo. Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo, eye wotsɔ sedati tso Lebanon hewɔ abaladoti na wò. Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu. Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta. Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo, eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo. Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo. Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi, aƒle wò adzɔnuwo. “Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò. Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ wò gliwo ŋu le akpawo katã, eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo. Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu, eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo. “Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo. “Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me. “Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe. “Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo. “Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò. “Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika. “Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò. Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie. “Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo. Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi. Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi. Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli. Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo, wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã kple wò ameha blibo si le ʋua me la, anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ. Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la, ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe. Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la, agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi, ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta. Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò, woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi, eye woamli le dzowɔ me. Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya. Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese kple konyifafa vevie. Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la, woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be, Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro, du si atsiaƒu ƒo xlãe ene? Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la, èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo. Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo. Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu le tsiwo ƒe gogloƒe, wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò. Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò; woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi, eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃. Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò. Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/28-577071261ef77582a247b14ee025b0e6.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã. Ɖe nènya nu wu Daniel mahã? Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ hekpɔ hotsui na ɖokuiwò, eye nèƒo ƒu sika kple klosalo ɖe wò nudzraɖoƒewo. Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Be nèbu be yenya nu, yenya nu abe mawu aɖe ene ta la, makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me. Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe le atsiaƒuwo titina. Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me. Àku abe aʋamatsomatsotɔwo ene le amedzrowo ƒe asi me. Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu, nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo. Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò. Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene, elabena nenemae meɖo wòe. Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ le dzokpewo dome. Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbe si gbe wowɔ wò va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o. To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la, ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃. Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi; menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome. Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa si me nuteƒewɔwɔ mele o me la, èdo gu wò Kɔkɔeƒewo. Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò, eye mena nèzu afi le anyigba, le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume. Dukɔ siwo katã nya wò la ƒe nu ku le ŋutiwò; wò nuwuwu dziŋɔ la va ɖo, eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’ ” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme. Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi le eƒe ablɔwo dzi. Ame kukuwo adze anyi le eme, eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa. “ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa. “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi. Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/29-a55efb9b1b2097ba4eafc215b3e93ce6.mp3?version_id=1613,"Le ƒe ewolia ƒe ɣleti ewolia me, le ŋkeke wuievelia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte katã ŋu. Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.” Matsɔ ƒu aƒo ɖe wò glã me, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsro ŋu, mahe wò ado goe le wò tɔsisiwo me kple tɔmelã siwo katã lé ɖe wò tsrokpa ŋuti. Magblẽ wò ɖe gbegbe, wò kple wò tɔwo me lãwo katã; àdze gbadzaƒe dzi, womafɔ wò alo atsɔ wò o. Mawɔ wò nàzu nuɖuɖu na gbemelãwo kple dziƒoxeviwo. Ekema ame siwo katã le Egipte la anya be, nyee nye Yehowa. “ ‘Ènye aƒlati na Israel ƒe aƒe la. Esi wolé wò kple asi la, èŋe woƒe abɔta, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋee heƒo ɖe woƒe dzime. “ ‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo. Egipte azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.” “ ‘Esi nègblɔ be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye, nyee wɔe” ta la, metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mana Egiptenyigba nazu aƒedo kple gbegbe tso Migdol va se ɖe Aswan, va do ɖe keke Kus ƒe liƒowo dzi. Amegbetɔ alo lã aɖeke ƒe afɔ magato edzi o. Ame aɖeke maganɔ afi ma o ƒe blaene sɔŋ. Mana Egiptenyigba nazu aƒedo le anyigba siwo wògblẽ la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe blaene le du siwo wogbã la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, akaka wo, ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. “ ‘Ke ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Le ƒe blaene ƒe nuwuwu la, maƒo ƒu Egiptetɔwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo la me. Magbugbɔ wo tso aboyome ava Egipte ƒe Dzigbeme, wo tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi, eye woanye fiaɖuƒe sue aɖe le afi ma. Anye fiaɖuƒe gblɔetɔ le fiaɖuƒewo dome, eye magado eɖokui ɖe dzi wu fiaɖuƒe bubuawo o. Mana wòagbɔdzɔ ale gbegbe be, magaɖu dukɔ bubuwo dzi azɔ o. Egipte maganye dukɔ si ŋu Israelviwo naɖo dzi ɖo o, ke boŋ ana woaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ si na wotrɔ ɖe eŋu hebia kpekpeɖeŋu la dzi. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.” ’ ” Le ƒe blaeve-vɔ-adrelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, Nebukadnezar, Babilonia fia, ho aʋa kple eƒe dukɔ ɖe Tiro ŋu; tawo katã bebe, eye abɔtawo katã ɖe bo. Ke eya kple eƒe aʋakɔ mekpɔ fetu aɖeke tso aʋahoho ɖe Tiro ŋu me o. Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Matsɔ Egipte ana Nebukadnezar, Babilonia fia, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aha nuwo le anyigba la dzi atsɔ axe fee na eƒe aʋawɔlawo. Metsɔ Egipte nɛ abe fetu ene le eƒe agbagbadzedze ta, elabena nyee eya kple eƒe aʋakɔ wɔ dɔ la na.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/30-e45744477a1aabad287de9f6f82d2a16.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Mifa avi, miagblɔ be, Baba na ŋkeke ma, elabena ŋkeke ma gogo, Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe, ŋkeke si dzi blukɔ ado, ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi. Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu, eye ŋɔdzi aɖo Kus. Ne ame ku le Egipte la, woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe, eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu. Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’ “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe. “Woazu gbegbe le anyigba siwo wogblẽ la dome, eye woƒe duwo anɔ du siwo wogbã la dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne metɔ dzo Egipte, eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã. “Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo. “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar, Babilonia fia ƒe asi dzi. Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ, ame siwo mekpɔa nublanui na amewo le dukɔwo katã dome o la, vɛ be woagblẽ anyigba la. Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu, eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi. Mana Nil tɔsisi la namie, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la kple nu sia nu si le edzi. Nye, Yehowae ƒo nu. “ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Magbã woƒe legbawo, eye maɖe aklamakpakpɛ siwo le Memfis la ɖa. Dziɖula aɖeke maganɔ Egipte azɔ o, eye mana vɔvɔ̃ naɖo ame sia ame le anyigba la dzi. Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes. Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium, Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi, eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo. Matɔ dzo Egipte; Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese, ahom akplɔ Tebes adzoe, eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta. Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo. Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo. Ale mahe to na Egipte, eye wòanya be nyee nye Yehowa.’ ” Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o. Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene. Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/31-717f5ff35f07071b1b25153406f456a5.mp3?version_id=1613,"Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ na Farao, Egipte fia kple eƒe ame gbogboawo be, “Ame kae woate ŋu atsɔ asɔ kple wò le fianyenye me? Bu Asiria ŋu kpɔ. Enye sedati kpɔ le Lebanon. Eƒe atilɔ dzeaniwo keke tsyɔ ave la dzi. Ekɔ nyuie, kɔ wu ati bubuawo Tsiwo na nunyiamewoe, tsitsetse goglowo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo tsa ƒo xlã ete, eye wodo eƒe alɔdzewo ɖe ati siwo katã le gbedzi la gbɔ. Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta. Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo dzi, gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te. Eɖi fia le eƒe nyonyo me, le eƒe alɔwo ƒe keke ta, elabena eƒe kewo le tsi sɔgbɔ me. Sedati siwo nɔ Mawu ƒe abɔ me la mete ŋu ke ɖi kplii o, sesewu ƒe alɔwo mete ŋu de etɔwo nu o, eye womate ŋu atsɔ xetiwo ƒe alɔwo asɔ kple etɔwo o. Ati siwo katã nɔ Mawu ƒe abɔ me la, mede enu le nyonyo me o. Mewɔe wònyo kple eƒe alɔdze geɖewo, eye wònye ŋubiã na ati siwo katã nɔ Edenbɔ, Mawu ƒe abɔ la me. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi wòkɔ bobobo wu ati bubuwo, eye wòdana le eƒe kɔkɔ ta la, metsɔe de asi na dukɔwo dziɖula be wòatu nu kplii ɖe eƒe ŋutasesẽ ta. Meɖee ɖe aga, eye amedzro dukɔ si mekpɔa nublanui kura o la tsɔe ƒu anyi hedzo le egbɔ. Eƒe alɔdzewo dze towo kple balimewo katã dzi; eƒe alɔdzewo ŋe, kaka ɖe anyigba la katã dzi. Dukɔwo katã le anyigba dzi do le eƒe vɔvɔli te, eye wogblẽe ɖi. Dziƒoxeviwo katã dze ɖe ati si mu la dzi, eye gbemelãwo katã nɔ eƒe alɔdzewo dome. Eya ta ati bubu siwo le tsiwo to la dometɔ aɖeke magada le eƒe kɔkɔ ta o, eye woƒe ɖɔme magakɔ wu avemeti bubuawo tɔwo o. Ati bubu siwo le tsiwo to la magade dzi nenema o. Ele na wo katã be woaku kokoko ayi tome, anɔ ame kukuwo dome kple ame siwo ayi aʋlime.’ “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe si gbe wokɔe de yɔdo me la, mena tsi dzidzi goglowo fa konyi ɖe wo ta. Eya ta meda viviti ɖe Lebanon dzi, eye ati siwo katã le gbedzi la ku. Mena eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya, esi mena wòge ɖe yɔdo me kple ame siwo yi aʋlime. Ekema atiwo katã le Eden, Lebanon ƒe ati nyuitɔwo, ati siwo katã ŋu tsi nɔ nyuie, wofa akɔ na wo katã le aʋlime. Ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te, ame siwo wòtsɔ aʋae le dukɔwo dome la, hã yi yɔdo me kplii, kpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/32-2229762972e5f43923f680171ac747a7.mp3?version_id=1613,"Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me, “ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo, Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me. “ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye, Mada nye ɖɔ ɖe dziwò, Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me. Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi, Eye mada wò ɖe gbedzi, Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò, Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã Nanya avuzi le dziwò. Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi, Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua. Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi, Ayi keke toawo te ke, Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã. Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o. Dziƒokaɖi keklẽwo katã, Mana woado viviti ɖe dziwò. Mahe viviti ava wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi, Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ, Le dukɔwo dome. Le anyigba siwo mènya o la dzi. Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò, Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò, Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume. Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la, Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta. “ ‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ, “ ‘Babilonia fia ƒe yi Ado ɖe ŋuwò. Mana wò amewo natsi ame sesẽwo, Ame siwo sẽa ŋuta wu Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu. Woatsi Egipte ƒe dada nu, Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi. Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã Tso tsi gãwo to, Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o, Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o. Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi, Eye mana woatsa abe ami ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Ne mena Egipte zu gbegbe, Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa, Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la, Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. “Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime. Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’ Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo. Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’ “Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu. Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu. “Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu. Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe. “Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã. “Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome. “Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome. “Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime. “Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/33-249273403e7500dd5286d9314241d776.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, ƒo nu na wò dukɔmetɔwo, eye nàgblɔ na wo be ne metsɔ yi ɖe dukɔ aɖe ŋu, eye dukɔa me tɔwo tia wo dometɔ ɖeka wòzu gbetakplɔla, eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la, ekema ne ame aɖe se kpẽ la, gake melé fɔ ɖe nuxlɔ̃ame la ŋu o, eye yi la va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Esi wòse kpẽ la ƒe ɖiɖi, gake mewɔ nuxlɔ̃ame la dzi o ta la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Nenye ɖe wòwɔ ɖe nuxlɔ̃ame la dzi la, anye ne eɖe eɖokui. Ke ne gbetakpɔla la kpɔ yi la wògbɔna, eye meku kpẽ la be yeaɖo afɔ afɔta na ameawo o, eye yi la va wu wo dometɔ ɖeka la, woakplɔ ame la adzoe le eƒe nu vɔ̃ ta, gake mana gbetakpɔla la nana akɔnta le eƒe ʋu ŋuti. “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘O ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo,’ eye ne mègbe nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, eye mana nàna akɔnta le eƒe ʋu ŋu. Ke ne ègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye wògbe la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò ya la, àɖe ɖokuiwò. “Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’ Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’ “Eya ta Ame vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be, ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye maɖee, ne egbe toɖoɖo o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mana wòaku, ne etrɔ dzi me o. Ne ame dzɔdzɔe wɔ nu vɔ̃ la, womaɖe mɔ nɛ be wòanɔ agbe le eƒe tsã ƒe dzɔdzɔenyenye ta o.’ Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Eye ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi la be, ‘Èle kuku ge godoo’ ke wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wònyo, ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o. Womaɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi nɛ o. Ewɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe; anɔ agbe kokoko. “Ke wò dukɔmetɔwo gblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o,’ le esime wònye woawo boŋ ƒe mɔe mele eteƒe o. Ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, aku ɖe eƒe nu vɔ̃ ta. Nenema ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe ɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti, eye wòwɔ nu si dzɔ, eye wòle eteƒe la, anɔ agbe to nu sia wɔwɔ me. Ke, O! Israel ƒe aƒe, ègblɔna be, ‘Aƒetɔ la ƒe mɔ mele eteƒe o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme nu.” Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe wuievelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe la, ŋutsu aɖe si si tso Yerusalem la va tum, eye wògblɔ nam be, “Wogbã du la!” Azɔ la, fiẽ si do ŋgɔ na ŋutsu la ƒe vava la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eʋu nye nu hafi ŋutsu la va gbɔnye le ŋdi me. Ale nye nu ʋu, eye nyemegazi ɖoɖoe o. Eye Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ame vi, ame siwo le du gbagbã mawo me le Israelnyigba dzi la le gbɔgblɔm be, ‘Ame ɖeka pɛ koe nye Abraham, ke anyigba la nye etɔ. Ke míawo ya, míesɔ gbɔ. Eme kɔ ƒãa be míawoe wotsɔ anyigba la na be wòanye mía tɔ.’ Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa? Mieɖoa ŋu ɖe miaƒe yi ŋu, miewɔa ŋunyɔnuwo, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gblẽ kɔ ɖo na nɔvia srɔ̃. Ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?’ ” Gblɔ na wo be, alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ. “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame siwo susɔ ɖe du gbagbãwo me la atsi yi nu; matsɔ ame siwo le gbedzi la ade asi na lã wɔadãwo woavuvu wo, eye ame siwo le mɔ sesẽwo me kple agadowo me la, dɔvɔ̃ awu wo. Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne mena anyigba la zu aƒedo kple gbegbe le ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta. “Ke wò ya la, Ame vi, wò dukɔmetɔwo le nu ƒom le ŋuwò le gliwo ŋu kple le woƒe aƒetɔ ƒe ʋɔtruwo nu. Wole gbɔgblɔm na wo nɔewo be, ‘Miva se gbedeasi si tso Yehowa gbɔ.’ Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu. Le nyateƒe me la, le wo gbɔ la, mènye naneke wu ame si tsɔa gbe vivi dzia lɔlɔ̃hawo, eye nèƒoa haƒonu aɖe nyuie ale be woase wò nyawo, ke womewɔa wo dzi o. “Ne nu siawo katã va eme, eye woava eme hã la, ekema woanya be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/34-99aba6e89b8c87ccbedb6728d587878f.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa? Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o. Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo. Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo. Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’ “Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya. ‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la, eya ta o, alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nyawo.’ Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’ “Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi. Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi. Maɖe wo tso dukɔwo me, maƒo ƒu wo tso anyigbawo dzi, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mana woaɖu gbe le Israel towo dzi, le Israel ƒe baliwo me kple amenɔƒewo katã le anyigba la dzi. Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi. Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye. “Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome. Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea? Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’ “Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome. Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la, maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome. Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene. Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe. “ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me. Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi. Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me. Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o. Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o. Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/35-a1f61decb82d137bb5adc483a60b26de.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Metso ɖe ŋuwò, Seir to la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsɔ wò awɔ aƒedo kple gbegbee. Matrɔ wò duwo woazu aƒedo, eye wò ŋutɔ àzu gbegbe. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’ “ ‘Esi nèlé fu nye dukɔ Israelviwo ɖikaɖika tso blema ke, eye nètsɔ wo de asi na yi le esime woƒe tohehe ɖo kɔkɔƒe la, eya ta meta ɖokuinye ƒe agbe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, be matsɔ wò ade asi na ʋukɔkɔɖi, eye wòanɔ wò yome. Esi mèlé fu ʋukɔkɔɖi o ta la, ʋukɔkɔɖi akplɔ wò ɖo. Mawɔ Seir to la aƒedo kple gbegbe, eye maɖe ame siwo vana, gadzona ɖa le wo dzi. Mana ame kukuwo nayɔ toawo dzi, ame siwo tsi yi nu la nayɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã. Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’ “Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã. Eya ta Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be, ‘Mawɔ na mi ɖe dziku kple ŋuʋaʋã si mieɖe fia le miaƒe fuléle wo me nu, eye mana woanyam ne medrɔ̃ ʋɔnu wo. Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.” Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “Esime xexea me katã le aseye tsom la, mana nàzu gbegbe. Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.” ’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/36-bc1ee26436d098b60a35ffc3381d9432.mp3?version_id=1613,"“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya. Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’ Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la, eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’ Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo. Eya ta gblɔ nya ɖi tso Israelnyigba ŋuti, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo be, “Aƒetɔ Yehowa be, mele nu ƒom le nye ŋuʋaʋã ƒe dziku me, elabena miekpe fu le dukɔwo ƒe fewuɖuɖu me. Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.” ’ “Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe. Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi, eye mana amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ du gbagbãwo atu. Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. Mana nye dukɔ, nye dukɔ, Israel, nazɔ le dziwò. Woaxɔ wò, eye nànye woƒe domenyinu; miagaxɔ wò viwo le wo si azɔ o. “Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi amewo gblɔna na mi be mieɖua amelã, eye mieɖea vi ɖa le miaƒe dukɔ ŋuti ta la, miagaɖu amelã azɔ o, eye miagatsrɔ̃ ɖeviwo na dukɔa azɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Nyemagana miase dukɔwo ƒe fewuɖuɖu le mia ŋu o, eye dukɔwo magado vlo mi alo ana miaƒe dukɔ la nadze anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” Aƒetɔ Yehowa ƒe nya gava nam be, “Ame vi, esime Israelviwo nɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, wodo gui to woƒe nɔnɔme kple wɔnawo me. Woƒe nɔnɔme le abe nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ ene le nye ŋkume. Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi, elabena wokɔ ʋu ɖe anyigba la dzi, eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe legbawo. Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu. Eye afi sia afi si woyi le dukɔwo dome la, wodoa gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, elabena wogblɔ tso wo ŋu be, ‘Ame siawo nye Yehowa ƒe amewo, ke ele na wo be woadzo le anyigba la dzi.’ Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.” Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae. Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume. “Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome. Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me; maɖe miaƒe kpedzi ɖa le mia me, eye mana lãkusidzi mi. Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi. Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu. Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o. Madzi atikutsetsewo kple miaƒe agblemenukuwo ɖe edzi, ale be miagaɖu ŋukpe le dukɔwo dome le dɔwuame ta o. Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta. Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le gbe si gbe maklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋuti la, mana amewo naganɔ miaƒe duwo me, eye woagbugbɔ gli gbagbãwo aɖo. Woade agble ɖe gbegbewo, eye womaganye gbegbe le emetsolawo ŋkume o. Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me. Ekema dukɔ siwo susɔ ƒo xlã mi la anya be, nye Yehowae gbugbɔ du siwo wogbã la tu, eye medo nukuwo ɖe gbegbewo. Nye Yehowae gblɔe, eye mawɔe hã.” “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Magaɖo to Israel ƒe aƒe ƒe kokoƒoƒo, eye mawɔ nu sia na wo. Mana eƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene, abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/37-d935710d80609d8d06f41c373692711a.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo. Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla. Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.” Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe. Made lãmeka mia me, lã naɖo mia ŋu, eye mafa ayi ɖe mia ŋu. Made yagbɔgbɔ mia me, eye miagbɔ agbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ” Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene. Esi menɔ nya la gblɔm ɖi la, hoowɔwɔ sesẽ aɖe ɖi, eye ƒuawo ƒo ƒu hetɔ ɖe wo nɔewo nu. Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ lãmekawo kple lã ɖo ƒuawo ŋu eye ayi fa ɖe wo ŋu, gake gbɔgbɔ mege ɖe wo me o. Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’ ” Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene, eye gbɔgbɔ ge ɖe wo me. Wogbɔ agbe, eye wotsi tsitre; aʋakɔ gã aɖee. Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’ Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi. Ekema mi, nye amewo, mianya be nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye meɖe mi do goe tso wo me. Made nye Gbɔgbɔ mia me, mianɔ agbe, eye mana mianɔ miawo ŋutɔ miaƒe anyigba dzi. Ekema mianya be nye, Yehowa, meƒo nu, eye mewɔe hã; Yehowae gblɔe.’ ” Yehowa ƒe nya va nam, “Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’ Tɔ wo ɖe wo nɔewo nu ale be woazu ɖeka le wò asi me. “Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’ Lé ati siwo dzi nèŋlɔ nu ɖo la ɖe woƒe ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o. Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu. “ ‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi. Woanɔ anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob, anyigba si dzi mia fofowo nɔ la dzi. Woawo kple wo viwo kple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbetegbe, eye David, nye dɔla, anye woƒe fiaviŋutsu tegbetegbe. Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe. Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo. Ekema dukɔwo anya be, nye Aƒetɔ lae wɔ Israel kɔkɔe le esime nye Kɔkɔeƒe la le wo dome tegbetegbe.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/38-35fbfc83a6ead5e6063be77e5465d56b.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ wò mo ɖe Gog ŋu, ɖe Magognyigba, ame si nye amegã le Mesek kple Tubal ŋu, nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu, eye nàgblɔ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò si nye amegã le Mesek kple Tubal. Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame. Persia, Kus kple Put akpe ɖe wo ŋu, wo katã woakpla akpoxɔnuwo, eye woaɖɔ gakukuwo, Gomer hã kple eƒe aʋawɔlawo katã kple Bet Togarma tso keke anyiehe ke kple eƒe aʋawɔlawo katã, dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.” “Nɔ klalo, nàdzra ɖo, wò kple ameha gã siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye nànɔ wo nu. Le ŋkeke geɖewo megbe la, woabia tso asiwò be, nàbla akpa hena aʋawɔwɔ. Le ƒe siwo gbɔna me la, àho aʋa ɖe anyigba aɖe si vo tso aʋawɔwɔ me la ŋu, woƒo eƒe amewo nu ƒu tso dukɔ geɖewo me ɖe Israel ƒe to siwo nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe la dzi. Woɖe wo tso dukɔwo me, eye azɔ la, wo katã wole dedie. Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le ŋkeke ma dzi la, susuwo aɖo ta me na wò, eye nàwɔ ɖoɖo vɔ̃ aɖe.” Àgblɔ be, “Maho aʋa ɖe du sue siwo womeglã o la ŋuti. Madze ame siwo nye ŋutifafamewo, eye womele mɔkpɔkpɔ me o la dzi; wo katã mele glikpɔwo me o, eye agbowo kple gametiwo mele wo nu o. Maha wo, eye makɔ nye asi dzi ɖe du siwo gbã, eye wogbugbɔ wo tu kple ame siwo nu woƒo ƒui tso dukɔwo me, ame siwo si lãwo kple nunɔamesiwo le, eye wole anyigba la titina la ŋu.” Seba kple Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kple eƒe kɔƒewo me nɔlawo katã woagblɔ na wò be, “Ɖe nèva be yeaha mía? Ɖe nèkplɔ wò amewo vɛ be woaha mí, woatsɔ klosalo kple sika kple kesinɔnuwo kple afunyinuwo adzoea?” Eya ta Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na Gog be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Gbe ma gbe ne nye amewo, Israelviwo ɖe dzi ɖi le dedinɔnɔ me la, màde dzesii oa? Àva tso wò nɔƒe le anyiehe ƒe didiƒe, wò kple dukɔ geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò, wo katã woanɔ sɔwo dzi, ameha gã aɖe kple aʋakɔ dranyi aɖe. Àlu ɖe nye dukɔ, Israel, dzi abe lilikpo si atsyɔ anyigba la dzi ene. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, O! Gog, mana nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo adze sim ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to dziwò le woƒe ŋkume. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Menye wòe nye ame si ŋu meƒo nu tsoe le ŋkeke siwo va yi me to nye dɔlawo, Israel ƒe nyagblɔɖilawo dzi oa? Le ɣe ma ɣi me la, wogblɔ nya ɖi ƒe geɖewo be mana nàtso ɖe wo ŋu. Nu siae adzɔ gbe ma gbe. Ne Gog ho aʋa ɖe Israelnyigba ŋu la, mado dziku helĩhelĩ; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe helĩhelĩ me la, megblɔ be, le ɣe ma ɣi me la, anyigbaʋuʋu sesẽ aɖe anɔ Israelnyigba dzi. Ƒumelãwo, dziƒoxeviwo, gbemelãwo, nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba, eye ame siwo katã le anyigba dzi la adzo nyanyanya le nye ŋkume. Towo atrɔ abu, agakpewo atu wɔ, eye gli ɖe sia ɖe amu. Mana yi natso ɖe Gog ŋu le nye toawo katã dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi. Ale maɖe nye gãnyenye kple kɔkɔenyenye afia, eye mana woanyam le dukɔ geɖewo me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/39-4bd4dd257ad0f7038c1f8bf694461de3.mp3?version_id=1613,"“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã. Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu. Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime. Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã. Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa. “ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel. Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe. “ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ. Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime. “ ‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre. Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko. “ ‘Le ɣleti adrea ƒe nuwuwu la, woagadze woƒe nudidi gɔme. Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime. Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’ “Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu. Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan. Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu. Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi. Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu. Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo. “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta. Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o. Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o. Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/40-9f1a0e5a02f4d271f3a69949de65c13c.mp3?version_id=1613,"Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae. Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene. Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi. Amea gblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ nu kple wò ŋkuwo, nàse nu kple wò towo, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si mafia wò la ŋu, elabena eya tae wokplɔ wò va afi sia ɖo. Gblɔ nu sia nu si nàkpɔ la na Israel ƒe aƒe la.” Mekpɔ gli aɖe si ƒo xlã gbedoxɔ la ƒe teƒe kpe ɖo. Dzidzeti si le ŋutsu la si la didi mita etɔ̃. Edzidze gli la; gli la tri dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka. Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka. Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka. Edzidze agbo la ƒe akpata wòkeke dzidzeti ɖeka, eye wòdidi mita ene. Yaxɔƒe si le agboa nu la dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la nu ƒe akpa ɖe sia ɖe; dzidzeme ɖeka li na wo ame etɔ̃awo, eye gli ɖe sia ɖe si do ɖe ŋgɔ la ƒe ŋkume nye didime ma ke. Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke mita atɔ̃ eye wòdidi mita ade kple afã. Gli si kɔ mita afã la le xɔvi ɖe sia ɖe nu, eye xɔviawo ƒe didime kple kekeme siaa nye mita etɔ̃. Emegbe la, edzidze agbo la ƒe mɔnu tso xɔvi ɖeka ƒe gli megbetɔ ŋu yi xɔvi si dze ŋgɔe la ƒe gli gbɔ va se ɖe evelia megbe, wòdidi mita wuieve kple afã tso mɔnu yi mɔnu si dze ŋgɔ nɔvia. Edzidze gli siwo do ɖe ŋgɔ la ŋkume ƒo xlã agbo la nu wòde mita blaetɔ̃ va se ɖe agbo la ƒe akpata gbɔ le goawo katã me. Tso agboa nu yi akpata la ƒe seƒe la le mita blaeve vɔ atɔ̃. Xɔviawo kple gli siwo do ɖe ŋgɔ le agbo la ƒe mɔnu la, mɔnu suesuewo ƒo xlã wo abe yaxɔƒe la ene, eye wo katã wotrɔ mo ɖo ɖe eme lɔƒo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu. Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu si le egodo afi si xɔviwo le. Woɖo kpe ɖe anyigba godoo kpe ɖo. Xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe ɖo atsyɔ̃ na wo nu. Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu. Esiae nye kpenyigba si le anyigbeme lɔƒo. Edzidze didime si le agbo etetɔ kple xɔxɔnu emetɔ dome. Edidi mita blaatɔ̃ le ɣedzeƒe kple anyiehe siaa. Emegbe la, edzidze anyiehegbo la ƒe didime kple kekeme siaa yi ɖe xɔxɔnu egodotɔ gbɔ. Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Eƒe mɔnuwo, akpata la kple eƒe detitatawo ƒe dzidzemewo le abe ɣedzeƒegbo la tɔwo ene. Atrakpui adre le eŋu, eye eƒe akpata le atrakpuiawo xa. Agbo aɖe le xɔxɔnu egodotɔ ŋu dze ŋgɔ anyiehegbo la abe ale si ɖeka nɔ ɣedzeƒe ene. Edzidze nu tso agbo ɖeka nu yi esi le eƒe axadzi gbɔ, wòle mita blaatɔ̃. Tete wòkplɔm yi dziehe lɔƒo, eye mekpɔ agbo aɖe si dze ŋgɔ dziehe lɔƒo. Edzidze eƒe gliwo kple eƒe akpata wole abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Atrakpui adre nɔ ete, eye eƒe akpata nɔ woƒe akpa eveawo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu le akpa ɖe sia ɖe me. Agbo aɖe le xɔxɔnu emetɔ hã ŋu, eye wòdze ŋgɔ dziehe. Edzidze nu tso agbo sia nu yi agbo egodotɔ si nɔ dziehe lɔƒo wòde mita blaatɔ̃. Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu emetɔ to dziehegbo la nu; edzidze dziehegbo la, eye wònɔ abe bubuawo ene. Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la nu kple eƒe akpata la ŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Akpata siwo ƒo xlã xɔxɔnu emetɔ la keke mita wuieve kple afã, eye wode eme mita eve kple afã. Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ; detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo, eye atrakpui enyi nɔ ete. Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu emetɔ si le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòdzidze agbo la; eƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo le eƒe axa eveawo dzi, eye atrakpui enyi nɔ ete. Le esia megbe la, ekplɔm yi anyiehegbo la gbɔ, eye wòdzidzee. Eƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene, abe eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ene, eye fesrewo nɔ eŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na sɔtiawo le akpa eveawo, eye atrakpui enyi le ete. Xɔ aɖe li si ƒe mɔnu le akpata la ŋu le agbo emetɔ ɖe sia ɖe ŋu, afi siae wokpalaa numevɔsawo le. Le akpata si le agbo la nu me la, kplɔ̃ eve le axa ɖe sia ɖe dzi. Kplɔ̃ siawo dzi wowua numevɔsalãwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple fɔɖivɔsalãwo le. Le akpata la ƒe gli egodotɔ, te ɖe agbo la nu kple atrakpuiawo ŋu le anyiehegbo la nu la, kplɔ̃ eve li, eye eve bubu hã gale atrakpuiawo ƒe akpa kemɛ. Ale kplɔ̃ ene le agbo la ƒe akpa ɖeka, eye kplɔ̃ ene bubu gale agbo la ƒe akpa kemɛ hã; wonye kplɔ̃ enyi siwo dzi wowua vɔsalãwo le. Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu. Woklã nu siwo woatsɔ nuwo akui, eye nu eve li na ɖe sia ɖe la ɖe gliawo ŋu kpe ɖo. Ɖe sia ɖe didi abe asi ɖeka ene. Kplɔ̃awo li na vɔsawo ƒe lãwo. Le agbo egodotɔ godo, le xɔxɔnu emetɔ me la, xɔ eve li, ɖeka le anyiehegbo la xa, eye wòdze ŋgɔ dziehe; evelia le agbo si le dziehe gome la xa, eye wòdze ŋgɔ anyiehe. Egblɔ nam be, “Xɔ si dze ŋgɔ dziehe gome lae nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ, eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.” Edzidze xɔxɔnu la; eƒe didime sɔ kple eƒe kekeme si nye mita blaatɔ̃. Vɔsamlekpui la le gbedoxɔ la ŋgɔ. Ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo; wokeke mita eve kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Eƒe mɔnu keke mita adre, eye eƒe gliwo keke mita ɖeka kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Akpata la keke mita ewo, eye wòdidi mita ade tso ŋgɔ yi megbe. Atrakpuiwo le ete, eye sɔtiwo le domegliawo ƒe akpa ɖe sia ɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/41-4167bac346853c097c8c4eba5a55b7ba.mp3?version_id=1613,"Tete ŋutsu la kplɔm yi gbedoxɔ la godo, eye wòdzidze domegliawo; woƒe kekeme nye mita etɔ̃ le akpa ɖe sia ɖe. Ʋɔtru la nu keke mita atɔ̃, eye gli siwo le eƒe akpawo la keke mita eve kple afã. Edzidze gbedoxɔ egodotɔ la hã. Edidi mita blaeve, eye wòkeke mita ewo. Azɔ la, eyi gbedoxɔ emetɔ me, eye wòdzidze ʋɔtru la ƒe domegliwo: ɖe sia ɖe keke mita ɖeka. Mɔnu la keke mita etɔ̃, eye gli siwo le eƒe axawo dzi la keke mita etɔ̃ kple afã. Edzidze gbedoxɔ emetɔ ƒe didime; esia nye mita ewo, eye eƒe kekeme nye mita ewo. Egblɔ nam be, “Esiae nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.” Tete wòdzidze gbedoxɔ la ƒe gliwo; etri mita etɔ̃, eye axadzixɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe keke mita eve. Axadzixɔawo le ɖoɖo etɔ̃ me, ɖoɖo ɖeka le nɔvia tame, eye xɔ blaetɔ̃ le ɖoɖo ɖe sia ɖe me. Wonɔ gbedoxɔ la ƒe gliwo ŋu be, woalé axadzixɔawo ɖe asi ale be léɖeasiwo mege ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo me o. Axadzixɔawo le ɖoɖo gbãtɔ me mekeke abe evelia me tɔwo ene o, eye woawo hã mekeke abe ɖoɖo etɔ̃lia me tɔwo ene o. Atrakpuiwo tso ɖoɖo gbãtɔ yi ɖoɖo etɔ̃lia to ɖoɖo titinatɔ me. Mekpɔ be woƒu kpo ƒo xlã gbedoxɔ la wòzu gɔmeɖokpe na axadzixɔawo. Ekeke abe dzidzeti la ƒe didime ene: mita etɔ̃. Axadzixɔawo ƒe gli egodotɔ tri mita eve kple afã. Teƒe si tsi anyi le axadzixɔawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome la keke mita ewo ƒo xlã gbedoxɔ la. Ʋɔtruwo le axadzixɔawo ŋu tso teƒe si le woawo kple nunɔlawo ƒe xɔwo dome, ɖeka le anyiehe gome, eye bubu hã le dziehe gome. Teƒe sia keke mita eve kple afã ƒo xlã va kpe ɖo. Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣetoɖoƒe lɔƒo la keke mita blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, eye wòtri mita eve kple afã. Gli la didi mita blaene-vɔ-atɔ̃. Azɔ la, edzidze gbedoxɔ la. Edidi mita blaatɔ̃, eye gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu kple xɔ la ƒe gliwo hã didi nenema ke. Gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu le ɣedzeƒe lɔƒo kple gbedoxɔ la ŋgɔ keke mita blaatɔ̃. Le esia megbe la, edzidze xɔ si dze ŋgɔ xɔxɔnu si le gbedoxɔ la megbe la kple dziƒoxɔ siwo le gbedoxɔ la me le akpa ɖe sia ɖe, eye wode mita blaatɔ̃. Gbedoxɔ egodotɔ kple emetɔ kple akpata si dze ŋgɔ xɔxɔnu la, kple fesre sue kple xɔmedziƒoxɔ siwo ƒo xlã nu etɔ̃awo; wofa ʋuƒo ɖe wo kple anyigba kpakple gliawo ŋu va se ɖe fesreawo te. Le teƒe si le gbedoxɔ emetɔ ƒe ʋɔtru tame kple gliawo ŋu le dometsotso mamlɛtɔ si ƒo xlã gbedoxɔ emetɔ kple egodotɔ ŋu la, kerubiwo kple deti siwo wokpa la li. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe. Ame ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa ɖeka, eye dzata ƒe mo dze ŋgɔ deti la le akpa kemɛ. Wokpa wo ɖe gliawo ŋu ƒo xlã gbedoxɔ blibo la. Tso anyigba yi teƒe si le ʋɔtru la tame la, wokpa kerubiwo kple detiwo ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe gliwo ŋu. Ʋɔtruti si le dzogoe ene me la le gbedoxɔ egodotɔ ƒe mɔnu abe esi le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ ene. Ativɔsamlekpui si kɔ mita ɖeka kple afã, eye eƒe axawo didi mita ɖeka la, wowɔ eƒe dzogoewo, ete kple eƒe axawo kple ati. Ame la gblɔ nam be, “Esiae nye kplɔ̃ si le Yehowa ŋkume.” Ʋɔtru gã evee nɔ gbedoxɔ egodotɔ kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu. Ʋɔtru ɖe sia ɖe ʋuna ɖe akpa eve. Wokpa kerubiwo kple detiwo abe esiwo wokpa ɖe gliawo ŋuti la ene ɖe gbedoxɔ egodotɔ ƒe ʋɔtruwo ŋu, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbali ɖe akpata la ŋgɔ. Fesre sue siwo ƒe akpa eveawo ŋu wokpa detiwo ɖo la, le akpata la ƒe axadzigliwo ŋu. Agbaliwo le gbedoxɔ la ƒe axadzixɔawo hã ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/42-91a2b59b8aeef65b7b47faf723f6c81b.mp3?version_id=1613,"Tete ŋutsu la kplɔm ɖo ta anyiehe gome yi xɔxɔnu egodotɔ me, eye míeyi xɔ siwo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ƒe axadzi kple egodogli si le anyiehe gome la me. Xɔ si ƒe ʋɔtru dze ŋgɔ anyiehe la didi mita blaatɔ̃, eye wòkeke mita blaeve vɔ atɔ̃. Le teƒe eve siwo didi mita ewo tso xɔxɔnu emetɔ gbɔ, eye le teƒe si le xɔxɔnu egodotɔ ƒe kpeɖoɖoawo kasa la, xɔmedziƒoxɔ dze ŋgɔ xɔmedziƒoxɔ le ɖoƒe etɔ̃awo. Mɔ aɖe le xɔawo ŋgɔ, ekeke mita atɔ̃, eye wòdidi mita blaatɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta anyiehe gome. Xɔtamexɔ etɔ̃liawo me mekeke abe etetɔwo me ene o, elabena sɔtiwo ƒe akpata xɔ teƒe le wo si. Sɔtiwo mele xɔtamexɔ etɔ̃lia ƒe xɔwo ŋu abe xɔxɔnu la ene o, ale wo me le sue wu xɔ siwo le ɖoɖo etetɔwo me. Egodogli aɖe le xɔawo kple xɔxɔnu egodotɔ dome. Ekeke mita blaeve vɔ atɔ̃ le xɔawo ŋgɔ. Esime xɔ siwo le xɔxɔnu egodotɔ ƒe axadzi didi mita blaeve vɔ atɔ̃ la, esiwo te ɖe gbedoxɔ la ŋu la didi mita blaatɔ̃. Mɔnu le xɔ etetɔwo ŋu le ɣedzeƒe lɔƒo ne woage ɖe wo me to xɔxɔnu egodotɔ la dzi. Xɔwo nɔ xɔxɔnu egodotɔ ƒe gli ƒe didime ŋu le dziehe gome; wote ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu ŋu le gli egodotɔ kasa, eye mɔnu aɖe nɔ wo ŋgɔ. Esiawo nɔ abe xɔ siwo nɔ anyiehe ene. Woƒe didime sɔ kple woƒe kekeme, eye woƒe mɔnuwo kple dzidzemewo ɖi anyiehexɔwo tɔwo. Woƒe mɔnuwo ɖi xɔ siwo le dziehe gome tɔwo. Mɔnu ɖeka nɔ glia ƒe gɔmedzedze, si le ɣedzeƒe lɔƒo la kasa afi si woato age ɖe xɔawo me. Tete wògblɔ nam be, “Xɔ siwo le anyiehe kple dziehe, eye wodze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu la nye nunɔlawo ƒe xɔwo, afi si nunɔla siwo tena ɖe Yehowa ŋu la aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woatsɔ vɔsanu kɔkɔewo, nuɖuvɔsanuwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo kple fɔɖivɔsanuwo ada ɖo, elabena teƒe la le kɔkɔe. Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.” Esi wòwɔ nu siwo nɔ gbedoxɔ la gbɔ vɔ la, ekplɔm do goe to ɣedzeƒegbo la me, eye wòdzidze teƒe si ƒo xlã afi ma. Etsɔ dzidzeti la dzidze eƒe ɣedzeƒe lɔƒo wòdidi mita alafa eve blaatɔ̃ (250). Edzidze eƒe anyiehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. Edzidze eƒe dziehe lɔƒo wòdidi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu. Azɔ la, etrɔ do ɖe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòdzidzee wònɔ mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250) le dzidzeti la nu Ale wòdzidze akpa eneawo katã. Gli aɖe ƒo xlãe; gli la didi mita alafa eve kple blaatɔ̃ (250), keke mita alafa eve kple blaatɔ̃, eye wòma kɔkɔeƒe la ɖa tso teƒe bubuawo gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/43-7e19ec61b99231f45b1a7676afb3bcce.mp3?version_id=1613,"Tete ame la kplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ, eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm. Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ge ɖe gbedoxɔ la me to agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me. Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me. Esime ŋutsu la tsi tsitre ɖe axanye la, mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam tso gbedoxɔ la me. Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o. Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me. Azɔ la, na woaɖe woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe legba siwo me agbe mele o la ɖa tso gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee. “Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu, eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi. “Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se. Teƒe siwo katã ƒo xlãe le to la dzi la anye teƒe kɔkɔe. Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se.” “Esiawoe nye vɔsamlekpui la ƒe dzidzeme. Eƒe tsitoƒe de eme mita afã, eye wòkeke mita afã; woɖo to nɛ si kɔ asiƒo afã. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme le ale: Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã. Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe kɔ mita eve, eye lãdzo eve tso dzodoƒe la ŋu do ɖe yame. Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe sɔ le didime kple kekeme siaa, eye ɖe sia ɖe nye mita ade. Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.” Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui. Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ele na wò be nàku lã la ƒe ʋu aɖe asi ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzo eneawo kple kɔ eneawo ƒe dzogoewo ŋu aƒo xlã kpe ɖo, ale nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu, eye nàlé avu ɖe enu. Ele na wò be nàtsɔ nyitsu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàtɔ dzoe le teƒe si woɖo ɖi nɛ le gbedoxɔ la me le kɔkɔeƒe la godo. “Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene. Ne èwu eŋutikɔkɔ nu vɔ la, ele na wò be nàna nyitsu fɛ̃ aɖe kple agbo aɖe tso lãha la me; kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. Ele na wò be nàna wo le Yehowa ŋkume, eye nunɔlaawo awu dze ɖe wo dzi, eye woatsɔ wo asa numevɔe na Yehowa. “Ele na wò be nàna gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe, ŋkeke adre hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàgana nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo ɖeka tso lãha la me, kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. Woawɔ avuléle ɖe vɔsamlekpui la nu ŋkeke adre, wɔakɔ eŋuti, eye woatsɔe ana. Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/44-b890294cc34f1548aadcc04dec7c5fd5.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui. Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme. Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.” Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi. Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti. Gblɔ na Israel ƒe aƒe dzeaglã la be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Miaƒe ŋukpenanuwɔnawo sɔ gbɔ, O! Israel ƒe aƒe! Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la. Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’ Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o. “ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo. Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mele be woate ɖe ŋunye be yewoasubɔm abe nunɔlawo ene alo ate ɖe nye nu kɔkɔewo alo nye vɔsa kɔkɔewo ŋu o. Ele na wo be woatsɔ woƒe ŋukpenanuwɔnawo ƒe ŋukpe. Ke matsɔ wo ada ɖe gbedoxɔ la ƒe dɔdeasiwo kple dɔ sia dɔ si woawɔ le eme la nu. “ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’ “ ‘Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, woado aklalawuwo, womado lãfuwu aɖeke esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ me alo le gbedoxɔ la me o. Woabla ta kple tablanu aklalatɔwo, eye woado aklalawutewuiwo ɖe ali. Womado naneke si ana woate fifia o. Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o. “ ‘Womaƒlɔ ta o, eye womana woƒe ɖa nato ʋutuu hã o, ke woafɔ woƒe taɖa dzi. Nunɔla aɖeke mano wain ne wòge ɖe xɔxɔnu emetɔ o. Womaɖe ahosiwo alo nyɔnu siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ o. Ame siwo woate ŋu aɖe ko la woe nye Israel ɖetugbiwo alo nunɔlawo ƒe ahosiwo. Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome. “ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe. “ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Ne wokɔ eŋuti la, alala ŋkeke adre. Gbe si gbe wòaɖo afɔ kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la la, ele be wòana nu hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi. Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ. Kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo kple miaƒe nunana tɔxɛwo katã anye nunɔlawo tɔ. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo ana wo, ale be yayra nanɔ wò aƒemetɔwo dzi. Nunɔlawo maɖu xevi alo lã aɖe si ku loo alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu la o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/45-ec5f77eabf08e8f2644280d12240e417.mp3?version_id=1613,"“ ‘Ne miema anyigba la abe domenyinu ene la, ele be miana anyigba la ƒe akpa aɖe Aƒetɔ Yehowa abe teƒe kɔkɔe ene, wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000) wòakeke mita akpe wuiɖeke (11,000), eye teƒe la katã nanye teƒe kɔkɔe. Eƒe akpa aɖe si ƒe didime kple kekeme siaa anye mita alafa eve blaade-vɔ-atɔ̃ (265), anye kɔkɔeƒe la tɔ, eye woaɖe mita blaeve-vɔ-adre le eŋu aƒo xlãe godoo hena gbadzaƒe la. Le anyigba la ƒe teƒe kɔkɔe la ŋu la, midzidze akpa aɖe wòadidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300). Afi siae Kɔkɔeƒe si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ. Anye anyigba la ƒe akpa kɔkɔe na nunɔlawo, ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Kɔkɔeƒe la, eye wotena vana be woasubɔ le Yehowa ŋkume. Anye teƒe na woƒe aƒewo kple Kɔkɔeƒe la siaa. Teƒe aɖe si adidi mita akpe wuietɔ̃ (13,000), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ alafa etɔ̃ (5,300) la, anye Levitɔ siwo subɔna le gbedoxɔ me la tɔ be woanɔ le duwo me. “ ‘Ele na mi be miatsɔ anyigba si keke mita akpe eve alafa adre (2,700), eye wòdidi mita akpe wuietɔ̃ alafa atɔ̃ (13,000) la ana du gã la abe etɔ ene, eye wòatɔ ɖe teƒe kɔkɔe la ŋu. Anye Israel ƒe aƒe blibo la tɔ. “ ‘Fiaviŋutsu la axɔ anyigba le teƒe kɔkɔe la kple du gã la ƒe anyigba dome. Aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime ato ɣetoɖoƒekpa dzi ayi ɣedzeƒeliƒo la dzi anɔ axadzi na to ɖeka ƒe anyigba. Teƒe sia anye etɔ le Israel. Nye fiaviŋutsuwo magate nye amewo ɖe to o, ke boŋ woaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe la be anyigba la nanye wo tɔ le woƒe towo nu. “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esɔ gbɔ na mi azɔ, O! Israel ƒe fia ŋutsuviwo! Miɖe asi le miaƒe nuveviwɔame kple miaƒe ameteteɖeto ŋuti, miawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye wònyo. Midzudzɔ nuwo xɔxɔ le nye amewo si,” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ele na mi be miawɔ nudanu dzɔdzɔewo ŋu dɔ, nudanu kple nudzidzenu si de. Lolome ɖeka nanɔ dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la si. Dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la nanye galɔn ene eye dzidzenu si wotsɔ dzidzea nu siwo menye tsinuwo o la hã nanye galɔn ene eye wòanye dzidzenu ɖeka si dzi woda asi ɖo la na dzidzenu eveawo. Woada ga home ɖe sia ɖe woasɔ ɖe dzidzenu. “ ‘Esiae nye nu tɔxɛ si miana, lu kilogram etɔ̃ tso lu kotoku ɖe sia ɖe me kple ƒo kilogram eve tso ƒo kotoku ɖe sia ɖe me. Woadzidze ami si woana la kple dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinu, eye woanye dzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo la ƒe si nye galɔn ene. Kpe ɖe esiawo ŋu la, woana alẽ ɖeka tso alẽ alafa eve ƒe alẽha me tso gbeɖuƒe siwo tsi bɔ ɖo le Israel. Woawɔ esiawo ŋu dɔ hena nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo, be woalé avu ɖe ameawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Anyigba la dzi tɔwo katã ana nunana tɔxɛ sia hena Israel ƒe fiaviŋutsu la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. Anye fiaviŋutsu la ƒe dɔdeasi be wòana nu hena numevɔsawo, nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo le Ɣleti Yeye kple Dzudzɔgbewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi, hekpe ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋkekenyui ɖoɖiwo ŋuti. Ana nu hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, nuɖuvɔsawo, numevɔsawo kple akpedavɔsawo ne woalé avu ɖe Israel ƒe aƒe la nu. “ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu. Nunɔla la aku nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ʋu aɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu kple vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo ŋu kple xɔxɔnu emetɔ ƒe agbonutiwo ŋu. Ele na mi be miagawɔ nu mawo ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrelia gbe na ame sia ame si awɔ nu vɔ̃ maɖowɔ aɖe alo ato manyamanya me la ta. Ale miawɔ avuléle ɖe gbedoxɔ la nu. “ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã. Gbe ma gbe la, fiavi ŋutsuvi la ana nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui kple ame siwo katã le anyigba la dzi la ta. Gbe sia gbe le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo me la, ana nyitsu adre kple agbo adre siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, hena numevɔsa na Yehowa, eye wòagana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Ana nuɖuvɔsa bli agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu eye agba ɖeka kpe ɖe agbo ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana ami lita ene kpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu. “ ‘Le ŋkekenyui si dzea egɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe ƒe ŋkeke adreawo me la, agana nu mawo ke kple ami hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo, numevɔsawo kple nuɖuvɔsawo.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/46-b973458a7196069a68efdb637fab0267.mp3?version_id=1613,"“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ele be xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nanɔ tutu le dɔwɔŋkeke adeawo me, ke woaʋui le Dzudzɔgbe la kple Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui la dzi. Fiavi ŋutsuvi la ato gota age ɖe eme to akpata la ƒe agbo me, eye wòatsi tsitre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti nu. Nunɔlaawo asa numevɔwo kple akpedavɔwo, asubɔ le agbo la ƒe agbali me, eye wòado go, gake womatu agbo la o va se ɖe fiẽ me. Le Dzudzɔgbewo kple Ɣleti Yeyewo ƒe ŋkekenyuiwo dzi la, anyigba la dzi nɔlawo asubɔ le Yehowa ŋkume le agbo la ƒe mɔnu. Numevɔsa si fiavi ŋutsuvi la tsɔ vɛ na Yehowa le Dzudzɔgbe la dzi la, anye agbo fɛ̃ ade kple agbo ɖeka, lã siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. Nuɖuvɔsa si wòna kpe ɖe agbo la ŋu la, anye wɔ agba ɖeka, eye nuɖuvɔsa si kpe ɖe agbo fɛ̃awo ŋu la asɔ gbɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe didi nu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖeka ɖe sia ɖe ŋu. Le Ɣleti Yeye la ƒe ŋkekenyui dzi la, ana nyitsu fɛ̃ ɖeka, alẽvi ade kple agbo ɖeka, lã siwo katã ŋuti kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o. Nu siwo wòana hena nuɖuvɔsa la woe nye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu la ŋu, eye wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, wòana nu si eya ŋutɔ lɔ̃ la kpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe agba ɖe sia ɖe ŋu. Ne fiavi ŋutsuvi la ge ɖe eme la, ato akpata la ƒe agbo nu, eye wòado go to teƒe ma ke. “ ‘Ne anyigba la dzi nɔlawo va Aƒetɔ Yehowa ŋkume le ŋkekenyui ɖoɖiawo dzi la, ame sia ame si age ɖe eme to agbo anyiehemetɔ me be yeasubɔ la, ado go to agbo dziehetɔ me. Nenema ke, ame sia ame si age ɖe eme to agbo dziehetɔ me la, ado go to agbo anyiehetɔ me. Ame aɖeke mado go to agbo si me wòto ge ɖe eme o, ke ame sia ame ado go to agbo evelia me. Fiavi ŋutsuvi la anɔ wo dome age ɖe eme ne ameawo ge ɖe eme, ado go ne ameawo do go. “ ‘Le azãwo kple ŋkekenyui ɖoɖiwo dzi la, nuɖuvɔsa la anye wɔ agba ɖeka kpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu, wɔ agba ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, eye nu sia nu si dze ame aɖe ŋu la, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami lita ene nakpe ɖe wɔ agba ɖeka ŋu. Ne fiaviŋutsu la wɔ lɔlɔ̃nununana na Aƒetɔ Yehowa, numevɔsa alo akpedavɔsa la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ. Ana eƒe numevɔsa alo akpedavɔsawo abe ale si wòwɔna le Dzudzɔgbe la ene. Ekema ado go, eye ne edo go la, woatu agbo la. “ ‘Gbe sia gbe la, miana alẽvi aɖe si xɔ ƒe ɖeka, lã si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o hena numevɔsa na Aƒetɔ Yehowa; mianae ŋdi sia ŋdi. Kpe ɖe esia ŋu la, ŋdi sia ŋdi miana nuɖuvɔsa wɔ agba ɖeka kple ami lita ene be woatsɔ ablu wɔ lae. Nuɖuvɔsa sia nana Aƒetɔ Yehowa nye ɖoɖo mavɔ. Ale woana alẽvi la kple nuɖuvɔsa la kple ami la ŋdi sia ŋdi hena gbe sia gbe ƒe numevɔsa. “ ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne fiaviŋutsu la na nu via ŋutsuwo dometɔ aɖe tso eƒe domenyinu me la, anye Via ŋutsu la ƒe dzidzimeviwo hã tɔ; anye wo tɔ to domenyinyi me. Ke, ne ena nane eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka tso eƒe domenyinyi me la, anye subɔla la tɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la dzi, ekema agazu fiaviŋutsu la tɔ. Eƒe domenyinuwo nye viawo ɖeɖe ko tɔ; woawo tɔe. Fiaviŋutsu la maxɔ ameawo ƒe domenyinuwo, anya ameawo le woƒe domenyinuwo gbɔ o. Ana domenyinuwo viawo tso eya ŋutɔ ƒe domenyinuwo me, ale womama nye ameawo dometɔ aɖeke ɖa tso nu si nye etɔ la gbɔ o.’ ” Azɔ la, ŋutsu la kplɔm to mɔnu si le agbo la xa yi xɔ kɔkɔe siwo dze ŋgɔ anyiehe la gbɔ; xɔ siawo nye nunɔlawo tɔwo, eye wòfia teƒe aɖem le axadzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Egblɔ nam be, “Afi siae nunɔlaawo aɖa fɔɖivɔsawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo le. Woame nuɖuvɔsawo hã le afi sia be womatsɔ wo ava xɔxɔnu egodotɔ, eye woakɔ ameawo ŋuti o.” Azɔ la, ekplɔm yi xɔxɔnu egodotɔ, eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe dzogoe eneawo dzi. Le xɔxɔnu egodotɔ ƒe dzogoe eneawo dzi la, mekpɔ xɔxɔnu bubu le dzogoe ɖe sia ɖe dzi, ɖe sia ɖe didi mita blaeve, eye wòkeke mita wuiatɔ̃. Dzidzeme ɖeka li na xɔxɔnu eneawo le dzogoe eneawo dzi. Woɖo kpegli ɖe xɔxɔnu eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me ƒo xlãe, eye woɖi mlekpui ɖe kpegliawo ŋu ƒo xlãe kpe ɖo. Egblɔ nam be, “Esiawoe nye dzodoƒe siwo me ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la aɖa ameawo ƒe vɔsanuwo le.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/47-a7ebe2077ed36ec10a714fd1e6d91729.mp3?version_id=1613,"Ame la kplɔm gbugbɔ va gbedoxɔ la ƒe mɔnu, eye mekpɔ tsi wònɔ dodom to gbedoxɔ la ƒe kpui te yina ɣedzeƒe lɔƒo, elabena gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Tsi la nɔ dodom tso gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo to vɔsamlekpui la ƒe dziehe. Tete wòkplɔm do goe to anyiehegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me, eye tsi la nɔ tsatsam tso dziehe lɔƒo. Esi ame la ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòlé dzidzeti la ɖe asi la, edzidze mita alafa atɔ̃ (500), eye wòkplɔm to tɔsisi si me afɔkɔe bu ɖo la me. Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo klonu la me. Edzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, eye wòkplɔm to tɔsisi si ɖo ali la me. Egadzidze mita alafa atɔ̃ (500) bubu, ke azɔ la, ezu tɔsisi si nyemate ŋu atso o, elabena tsi la ɖɔ, eye wògoglo be woate ŋu aƒui, eye ame aɖeke mate ŋu atsoe o. Ebiam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia?” Azɔ la, ekplɔm yi tɔsisi la to. Esi meɖo afi ma la, mekpɔ ati geɖewo le tɔsisi la ƒe axa eveawo. Egblɔ nam be, “Tsi sia tsana ɖoa ta ɣedzeƒe, gena ɖe Araba me, afi si wògena ɖe Atsiaƒu me le. Ne ege ɖe Atsiaƒu la me la, tsi la zua tsi vivi. Nu gbagbe geɖewo anɔ eme, afi sia afi si wòatsa ayi. Tɔmelã geɖewo anɔ eme, elabena tsi sia tsana yina afi ma, eye wònana dzetsi trɔna zua tsi nyui, ale be afi sia afi si tɔsisi la tsa yi la, nu sia nu anɔ agbe. Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene. Ke eƒe siiwo kple tawo matrɔ o, ke boŋ woagblẽ wo ɖi na dze. Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.” Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef. Ele be miama anyigba la sɔsɔe ɖe wo dome, elabena mekɔ nye asi dzi ka atam be matsɔe ana mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu. “Esiae anye anyigba la ƒe liƒowo. “Le anyiehe lɔƒo la, liƒo la atso Atsiaƒu Gã la nu, ato Hetlon ayi Lebo Hamat va se ɖe Zedad. Berota kple Sibraim, afi si le liƒo si le Damasko kple Hamat dzi, ayi keke Hazer Hatikon, le Hauran ƒe liƒo dzi. Liƒo la atso atsiaƒu la gbɔ ayi Hazar Enan le Damasko ƒe anyieheliƒo dzi kple Hamat ƒe anyieheliƒo. Esiae anye dzigbemeliƒo la. Le ɣedzeƒe lɔƒo la, liƒo la ato Hauran kple Damasko dome, ato Yɔdan ŋu, ato Gilead kple Israel ƒe anyigba dome ayi ɣedzeƒeƒu la gbɔ ayi keke Tamar. Esiae anye ɣedzeƒeliƒo la. Le dziehe lɔƒo la, atso Tamar ayi keke Meriba Kades ƒe tsiwo gbɔ, azɔ ato Wadi le Egipte xa, ayi Atsiaƒu Gã la gbɔ. Esiae anye Dzieheliƒo la. Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo la na teƒe aɖe si le Lebo Hamat la kasa. Esiae anye ɣetoɖoƒeliƒo la. “Ele be miama anyigba la ɖe mia dome ɖe Israel ƒe toawo nu. Ele be miamae abe domenyinu ene na mia ɖokuiwo kple amedzro siwo va tsi mia dome, ame siwo si viwo le. Ele be miabu wo abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Abe miawo ŋutɔ ene la, woana domenyinu wo ɖe Israel ƒe towo dome. To sia to si me amedzro la tsi la, afi mae miana eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZK/48-62df8b9860996856c3110505c7672a1a.mp3?version_id=1613,"“Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu: “Tso dzigbemeliƒo dzi la, Dan axɔ mama ɖeka. Mama sia azɔ ɖe Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo Hamat. Hazar Enan kple Damasko ƒe dzigbemeliƒo anye eƒe liƒo ƒe akpa aɖe tso ɣedzeƒe lɔƒo va yi ɣetoɖoƒe lɔƒo. Aser axɔ mama ɖeka; ado liƒo kple Dan ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. Naftali axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Aser ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. Manase axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Naftali ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. Efraim axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Manase ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. Yuda axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Ruben ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. “Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina. “Teƒe tɔxɛ si miana Aƒetɔ Yehowa la adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃. Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina. Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ, Zadok ƒe viwo tɔ, ame siwo wɔ nuteƒe, subɔm, eye wometra mɔ abe Levitɔwo ene esime Israelviwo tra mɔ o. Anye nunana tɔxɛ na wo tso teƒe kɔkɔe la ŋu, teƒe kɔkɔe aɖe ŋutɔe, eye wòado liƒo kple Levitɔwo ƒe teƒe. “Le nunɔlawo ƒe teƒe ƒe axadzi la, Levitɔwo axɔ anyigba wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ (5,000). Eƒe didime blibo la anye mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe kekeme blibo la anye mita akpe atɔ̃ (5,000). Mele be miadzra anyigba la ƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii kple naneke o. Esiae nye anyigba la ƒe akpa nyuitɔ, eye mage ɖe ame bubuwo ƒe asi me o, elabena ele kɔkɔe na Aƒetɔ Yehowa. “Teƒe si asusɔ, si akeke mita akpe eve alafa atɔ̃ (2,500), eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) la, anɔ anyi na dua ƒe ŋu dɔ wɔwɔ, hena aƒewo kple lãnyiƒewo. Du la anɔ teƒe la ƒe titina, eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo. Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me. Teƒe blibo la ƒe didime kple kekeme asɔ, eye ɖe sia ɖe adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500). Abe nunana tɔxɛ ene la, miaɖe teƒe kɔkɔe la ɖi wòamlɔ dua ƒe anyigba ŋu. “Nu si asusɔ le teƒe la ƒe akpa eveawo ŋu la le teƒe kɔkɔe la kple dua ƒe anyigba ŋu la, anye fiaviŋutsu la tɔ. Akeke ayi ɣedzeƒe lɔƒo tso teƒe kɔkɔe la mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) va se ɖe ɣedzeƒeliƒo la dzi, eye wòayi ɣetoɖoƒe lɔƒo tso mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) ŋu va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi. Teƒe eve siawo, siwo xe ɖe toawo ƒe teƒewo ƒe didime ŋu la anye fiaviŋutsu la tɔ, eye teƒe kɔkɔe la kple gbedoxɔ la anɔ woƒe titina. Ale Levitɔwo ƒe teƒe kple dua ƒe teƒe anɔ titina na teƒe si nye fiaviŋutsu la tɔ. Fiaviŋutsu la ƒe teƒe anɔ Yuda ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome. “Le to bubuawo gome la: “Benyamin axɔ teƒe ɖeka; atso ɣedzeƒe lɔƒo ayi ɣetoɖoƒe lɔƒo. Simeon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Benyamin ƒe teƒe tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Isaka axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Simeon tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Zebulon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Isaka ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Gad axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Gad ƒe anyigba ƒe dzieheliƒo ayi dziehe tso Tamar ayi Meriba kple Kades ƒe tsiwo gbɔ, ato Egipte ƒe Wadi ŋu ayi Atsiaƒu Gã la to. “Esiae nye anyigba si miama abe domenyinu na Israel ƒe towo ene, eye esiawoe anye woƒe teƒewo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Esiawoe anye du la ƒe agbowo: “Tso dzigbeme lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250), woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo. Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo. Le dziehe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Simeon ƒe agbo, Isaka ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo. Le ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo. “Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAL/1-0a201e95ef13db44f22a9e752b5f107b.mp3?version_id=1613,"Esia nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ na Israel dukɔa to Nyagblɔɖila Malaki dzi. Wolɔ̃ Yakob, eye wolé fu Esau. Yehowa gblɔ be, “Melɔ̃ mi. “Gake nèbia be, ‘Aleke nèlɔ̃ mí?’ ” Yehowa gblɔ be: “Ɖe Yakob menye Esau nɔvi oa? Melɔ̃ Yakob. Ke Esau ya la melé fui, metrɔ eƒe nɔƒe wòzu gbegbe, eye metsɔ eƒe domenyinu na amegaxiwo.” Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa. O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’ “Viŋutsu dea bubu fofoa ŋuti eye kluvi ɖoa bubu na eƒe aƒetɔ; ekema ne nyee nye mia fofo la, afi ka nye bubu le? Ne nye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, nu ka ta mievɔ̃am o? Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “O, mi nunɔlawoe ƒo ɖi nye ŋkɔ. “Gake mieɖe ɖeklemi be, ‘Ɣe ka ɣi míeƒo ɖi wò ŋkɔ kpɔ?’  “Mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo sa vɔe nam le nye vɔsamlekpui dzi, “Gake miebiam be, ‘Gbe ka gbee míewɔ nane nenema kpɔ?’ “Le esime míedoa vlo Yehowa ƒe kplɔ̃ le amewo gbɔ be megale ɖeke me o. Miegblɔna na amewo hã be, Mitsɔ lã siwo mede blibo o la sa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi faa, ɛ̃, lã siwo ƒe ŋkuwo gbã kple esiwo le dɔ lém la, megblẽ naneke o? Nu sia miewɔ, eye miebe menye vɔ̃ oa? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be mitsɔ wo na miaƒe mɔmefia abe nunana ene, eye miakpɔe ɖa be adze eŋu hã?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Azɔ miele kuku ɖem be, Mawu, kpɔ míaƒe nublanui, Esi mietsɔ nunana madzemadze mawo vɛ ɖe, nu ka ta wòakpɔ nublanui na mi?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o. Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’ Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa? Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAL/2-c030db944ed707e9493447f982a190be.mp3?version_id=1613,"“Mi nunɔlawo, miɖo to ne miase sedede sia si tso Yehowa, gbɔ. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, ‘Ne mietrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi hede bubu ŋunye o la, maƒo fi ade mi, eye mana be miaƒe yayrawo nazu fiƒode. Le nyateƒe me la, meƒo ƒi de mi xoxo elabena mieɖo ta me be yewoade bubu ŋunye o.’ “ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi. Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Nye nubabla sia ƒe taɖodzinue nye be wòanye agbe kple ŋutifafa nɛ eye metsɔ vɔvɔ̃ de asi nɛ, evɔ̃m eye nye ŋkɔ do ŋɔdzi nɛ. Nyateƒe ƒe se le nu me nɛ, eye alakpa aɖeke mele eƒe nuyiwo nu o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye me, eye wòna ame geɖewo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me. “Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo. Ke esia mele mia gbɔ o elabena miawo mietra tso Yehowa ƒe mɔ dzi. Miekplɔ amewo to mɔtatra dzi, to miaƒe nufiafia me eye wodze nu vɔ̃ me. Mietɔtɔ Levi ƒe nubabla la, hewɔe wòzu nu tsɛ aɖe ko.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Esia ta nye hã meɖi gbɔ̃ mi le amewo ƒe ŋkume elabena mieɖo tom o eye miekpɔ ame ŋkume le seawo ŋu dɔ wɔwɔ me.” Ɖe menye fofo ɖeka ƒe viwoe míenye oa? Eye ɖe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Ekema nu ka ta míewɔa nu tovowo ɖe mía nɔewo ŋuti, eye míetua mía fofowo ƒe nubabla la? Ŋunyɔnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖe Yuda, Israel kple Yerusalem eye Yuda ŋutsuwo do gu Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔe si gbɔ melɔ̃a nu le o la elabena woɖe nyɔnu siwo subɔa mawu bubuwo. Yehowa netsrɔ̃ ame sia ame si awɔ nu sia la ɖa tso Yakob ƒe ƒomea me, eɖanye nunɔla loo alo hamevi, togbɔ be wòtsɔa vɔsa dona ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume gɔ̃ hã. Nu bubu si miegawɔe nye be, mietsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe tsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi elabena megatsɔa ɖeke le miaƒe vɔsasa me o, eye megayraa mi hã o. Miefa avi bia Yehowa be: “Mawu, nu ka tae nègblẽ mí ɖi?” Magblɔ nu si ta wògble mi ɖi la na mi; Yehowa kpɔ ale si miewɔ tamesesẽ hegbe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo nɔ anyi kpli mi le nyateƒetoto me ƒe geɖe lae. Evɔ mieɖe adzɔgbe be miakpɔ wo dzi, eye miagblẽ wo ɖi ɣe aɖeke ɣi akpɔ o. Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo. “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be yetsri srɔ̃gbegbe kple ŋutsu ŋutasẽla vɔ̃ɖiwo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Eya ta miɖu mia ɖokuiwo dzi ne miadzudzɔ srɔ̃gbegbe. Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa. Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?” Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAL/3-82f7b2a50c009539942540e52e229942.mp3?version_id=1613,"“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ame ka ado dzi anɔ anyi ne eva do? Ame ka anɔ te ɖe eƒe vava nu? Elabena ele abe dzo si wotsɔna loloa ga ene eye wòle abe adzalẽ si wotsɔna nyaa avɔ wòɖina keŋkeŋ la ene! Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me. Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene. “Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa. “Tso keke mia tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli ke la, miegbea nu le nye seawo gbɔ eye miewɔa wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miebia be, ‘Aleke míawɔ atrɔ ɖe ŋutiwòe?’ “Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã? “Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’ “Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o. “Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem. Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ. “Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’, “Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’ “Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’ Gake azɔ la, míegblɔna be, ‘Woyraa dadalawo. Nu dzea edzi na nu vɔ̃ wɔlawo, gawu la, ne wote Mawu kpɔ la, tohehe mevaa wo dzi o.’ “Ke ame siwo vɔ̃ Yehowa, eye wolɔ̃e la ƒo nu nyui tso eŋuti na wo nɔewo eye Mawu ɖo to eye wòsee. Ena woŋlɔ ame siwo vɔ̃e, eye wolɔ̃e la ƒe ŋkɔwo ɖe ŋkuɖodzigbalẽ gã aɖe me da ɖi.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso wo ŋutie nye esi: “Woanye tɔnye le ŋkeke ma dzi ne mele ƒu ƒom nye nu xɔasiwo. Abe ale si ŋutsu léa be na ɖevi si ɖoa toe ene la, nenema ke malé be na woe. Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAL/4-115df126e2e00717b200bd289969b0e4.mp3?version_id=1613,"Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa. Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene. Ekema gbe si gbe mawɔ esia la, mianye avuzi le ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye woanɔ abe dzofi ene le miaƒe afɔ te. “Miɖo ŋui ne miawɔ ɖe se siwo katã mede na Israel dukɔ la to nye dɔla, Mose dzi le Horeb to dzi la dzi. “Kpɔ ɖa, maɖo Nyagblɔɖila Eliya ɖe mi hafi Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo. Atrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu be nyemana fiƒode nava anyigba la dzi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/1-afb3316c2b8d99a8b795b697d6ef8811.mp3?version_id=1613,"Adam, Set, Enos, Kenan, Mahalalel, Yared, Enɔk, Metusela, Lamek, Noa. Noa ƒe viwo: Sem, Ham kple Yafet. Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras. Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim. Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan. Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Rama ƒe viŋutsuwoe nye Seba kple Dedan. Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo. Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud, Aram, Uz, Hul, Geter kple Mesek. Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber. Vi eve nɔ Eber si: Woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. Yoktan ƒe viwoe nye Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, Hadoram, Uzal, Dikla, Obal, Abimael, Seba, Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo. Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Arfaxad, ame si dzi Sela, ame si dzi Eber, ame si dzi Peleg, ame si dzi Reu, ame si dzi Serug, ame si dzi Nahor, ame si dzi Tera, ame si dzi Abram ame si wova yɔna emegbe be Abraham. Abraham ƒe viwoe nye: Isak kple Ismael. Ismael ƒe viwoe nye Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam, Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedema. Ame siawo nye Ismael viwo. Abraham ƒe ahiãvi Ketura dzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua. Yoksan ƒe viwo: Seba kple Dedan. Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. Abraham ƒe vi, Isak, dzi Esau kple Israel. Esau ƒe viŋutsuwoe nye: Elifaz, Reuel, Yeus, Yalam kple Korah. Elifaz ƒe viwoe nye: Teman, Omar, Zefi, Gatam, Kenaz, Timna kple Amalek. Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Esua alo Seir ƒe vi aɖewoe nye: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. Lotan ƒe viwoe nye Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu. Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam. Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. Ana ƒe vie nye: Dison, ame si dzi Hamran, Esban, Itran kple Keran. Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Yaakan. Disan ƒe viwoe nye: Uz kple Aran. Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye: Bela, Beor ƒe vi. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba. Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi, tso Bozra zu fia. Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe, eye le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit. Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe. Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe. Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe. Esi Baal Hanan ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, ame si dadae nye Me-Zahab. Hadad hã va ku. Edom fiawo le Hadad ƒe ku megbe nye: Timna, Alva, Yetet Oholibama, Ela, Pinon, Kenaz, Teman, Mibzar, Magdiel kple Iram. Ame siawoe nye Edom fiawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/2-a06e308589a64ca19871ee3b8134a129.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser. Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye Er, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ, Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui. Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera; ale viŋutsuvi atɔ̃ nɔ Yuda si. Perez ƒe viwoe nye: Hezron kple Hamul. Zera ƒe viwo nye: Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara. Aka, Karmi ƒe vie nye ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo. Etan ƒe vie nye Azaria. Hezron ƒe viwoe nye Yerameel, Ram kple Kelubai. Ram dzi Aminadab eye Aminadab dzi Nahson, ame si va zu Yuda to la ƒe kplɔla ɖeka. Nahson dzi Salma eye Salma hã dzi Boaz. Boaz dzi Obed ame si dzi Yese. Yese ƒe vi gbãtɔe nye Eliab, eveliae nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Simea; eneliae nye Netanel, atɔ̃liae nye Radai, adelia nye Ozem eye adreliae nye David. Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail. Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel. Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ. Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye: Yeser, Sobab kple Ardon. Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ. Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel. Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead. Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi. (Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo. Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo. Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye: Ram ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Buna, Oren, Ozem kple Ahiya. Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam. Ram ƒe viwoe nye Maaz, Yamin kple Eker. Onam ƒe viwoe nye Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur. Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid. Nadab ƒe viwoe nye Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o. Apaim ƒe vie nye Isi, ame si dzi Sesan eye eya hã dzi Ahlai. Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve: Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o, ke Yonatan dzi vi eve: Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo. Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi. Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha. Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai. Atai dzi Natan, ame si dzi Zabad, ame si dzi Eflal, ame si dzi Obed, ame si dzi Yehu, ame si dzi Azaria. Azaria dzi Helez, ame si dzi Eleasa, ame si dzi Sismai, ame si dzi Salum. Salum dzi Yekamia ame si dzi Elisama. Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nye Mesa, ame si dzi Zif, ame si dzi Maresa, ame si dzi Hebron. Hebron ƒe viwoe nye Korah, Tapua, Rekem kple Sema. Sema dzi Raham ame si dzi Yorkeam. Rekem dzi Samai. Samai dzi Maon eye Maon dzi Bet Zur. Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi Haran, Moza kple Gazez. Haran dzi Gazez. Yahdai dzi Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf. Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi Seber kple Tirhana. Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo kple Seva, Makbena fofo kple Gibea. Kaleb ƒe vinyɔnue nye Aksa. Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la, dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo, Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo. Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã. Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso. Salma ƒe viwoe nye: Betlehem, Netofatitɔwo, Atrot Bet Yoab, Manahatitɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo, agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/3-7fc34c99a1b8200f27343849071dbda8.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron: Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel. Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit. Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla. Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã. Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye: Simea, Sobab, Natan kple Solomo. Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet, Noga, Nefeg, Yafia, Elisama, Eliada kple Elifelet. Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar. Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam, Abiya, Asa, Yehosafat, Yoram alo Yehoram, Ahazia, Yoas, Amazia, Azaria alo Uzia, Yotam, Ahaz, Hezekia, Manase, Amon kple Yosia. Yosia ƒe viwoe nye, Yohanan alo Yehoahaz, Yehoyakim, Zedekia kple Salum. Ame siwo ɖu fia ɖe Yehoyakim yome la woe nye, Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia. Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye, Via ŋutsu Sealtiel, Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia. Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye, Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye, Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed. Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye, Pelatia kple Yesaya kple Refaya, Arnan, Obadia kple Sekania ƒe viŋutsuwo. Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye, Semaya kple via ŋutsuwo: Hatus, Igal, Baria, Nearia kple Safat; wole ame ade. Viŋutsu etɔ̃ nɔ Nearia si; woawoe nye, Elioenai, Hezekia kple Azrikam. Vi adre nɔ Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/4-3199737b083b2d22c6312703006ec8e7.mp3?version_id=1613,"Yuda ƒe dzidzimevi bubuawoe nye: Perez, Hezron, Karmi, Hur kple Sobal. Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo. Etam ƒe dzidzimeviwoe nye: Yezreel, Isma, Idbas kple via nyɔnu Hazelelponi Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer. Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo. Asur, Tekoa fofo, ɖe srɔ̃ eve: Hela kple Naara. Naara dzi Ahuzam, Hefer, Temeni kple Haahastari. Hela ƒe viŋutsuwoe nye: Zeret, Zohar, Etnan kple Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso. Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me. Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa. Kelub, Suha nɔviŋutsu, dzi Mehir, ame si dzi Eston. Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo. Kenaz dzi Otniel kple Seraya. Otniel dzi Hatat Meonatai. Meonatai, ame si dzi Ofra. Seraya dzi Yoab, ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso. Kaleb, Yefune ƒe vi, dzi Iru, Ela kple Naam. Kenaz nɔ Ela ƒe viwo dome. Yehalelel ƒe viwoe nye Zif, Zifa, Tiria kple Asarel. Ezra dzi Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo. Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo. Hodia srɔ̃ nye Naham nɔvinyɔnu. Via ɖekae nye Keila, Garmitɔ la fofo; via bubue dzi Estemoa, Maakatitɔ la. Simɔn dzi Amnon, Rina, Ben Hanan kple Tilɔn. Isi dzi Zohet kple Ben Zohet. Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea, Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me. Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la. Simeon dzi Nemuel, Yamin, Yarib, Zera kple Saul. Saul dzi Salum, ame si dzi Mibsam, ame si dzi Misma. Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei. Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o. Wonɔ Beerseba, Molada, Hazar Sual Bilha, Ezem, Tolad, Betuel, Horma, Ziklag, Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi. Kɔƒe siwo ƒo xlã wo lae nye Etam, Ain, Rimon, Token kple Asan, kɔƒe atɔ̃ kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo, eye dzidzimegbalẽ nɔ wo si. Mesobab, Yamlek, Yosa Amazia ƒe viŋutsu, Yoel, Yehu, Yosibia ƒe viŋutsu, ame si nye Seraya ƒe vi kple Asiel ƒe vi, Elioenai, Yaakoba, Yehodaya, Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya, Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi. Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo. Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo. Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ. Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo. Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/5-b50ed84bba6002213987c1d982daecfc.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o. Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso. Ruben ƒe viwoe nye: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi. Yoel ƒe viwoe nye, Semaya, ame si dzi Gog, ame si dzi Simei. Simei ƒe vie nye Mika, ame si dzi Reaia, ame si dzi Baal. Baal ƒe vie nye Beera, ame si nye fiavi tso Ruben ƒe viwo dome. Asiria fia Tilgat Pilneser ɖe aboyoe. Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale: Yeiel, fia la kple Zekaria kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu. Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon. Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi. Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi. Gad ƒe dzidzimeviwo nɔ woƒe kasa le anyigba si tso Basan yi keke Saleka: Yoel nye wo dometɔ xɔŋkɔtɔ eye Safam, Yanai kple Safat kplɔe ɖo. Woƒe ƒometɔ siwo nye hlɔ̃ adreawo ƒe amegãwo la woe nye, Mikael, Mesulam, Seba, Yorai, Yakan, Zia kple Eber. Buz ƒe dzidzimeviwo le woƒe tsitsi nu le ale: Yahdo, Yesisai. Mikael, Gilead, Yarao, Huri kple Abihail. Guni ƒe vi, Abdiel ƒe vi, Ahi nye hlɔ̃ la ƒe kplɔla. Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi. Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me. Woho aʋa ɖe Hagritɔwo, Yeturitɔwo, Nafisitɔwo kple Nodabitɔwo ŋu. Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi. Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000). Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo. Manase ƒe to ƒe afã kaka ɖe anyigba si tso Basan yi Baal Hermon, Senir kple Hermon to la ŋu. Woawo hã sɔ gbɔ ŋutɔ. Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene. Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo. Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/6-e63901e5a38f4b0bc98a89a70a876bd9.mp3?version_id=1613,"Levi ƒe viwoe nye: Gerson, Kohat kple Merari. Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Amram ƒe viwoe nye: Aron, Mose kple Miriam. Aron ƒe viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua, ame si dzi Buki, ame si dzi Uzi, ame si dzi Zerahia, ame si dzi Merayot, ame si dzi Amaria, ame si dzi Ahitub, ame si dzi Zadok, ame si dzi Ahimaaz, ame si dzi Azaria, ame si dzi Yohanan, ame si dzi Azaria, ame si nye Nunɔlagã si nɔ Solomo ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem. Azaria hã dzi Amaria, ame si dzi Ahitub, ame si dzi Zadok, ame si dzi Salum, ame si dzi Hilkia, ame si dzi Azaria. Azaria dzi Seraya, ame si dzi Yehozadak, ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem. Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye, Gerson, Kohat kple Merari. Gerson ƒe viwoe nye: Libni kple Simei. Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Merari ƒe viwoe nye: Mahli kple Musi. Ƒome siwo dzɔ tso Levi ƒe hlɔ̃ me la le ale: Gerson ƒe viwoe nye, Libni, Yahat, Zima, Yoa, Ido, Zera kple Yeaterai. Kohat ƒe viwoe nye: Aminadab, Korah, Asir, Elkana, Ebiasaf, Asir, Tahat, Uriel, Uzia kple Saul. Elkana ƒe dzidzimeviwo ma ɖe ƒome siawo me: Amasai, Ahimɔt, Elkana, Zofai, Nahat, Eliab, Yeroham kple Elkana. Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye: Yoel, Via ŋutsu tsitsitɔ kple evelia, Abiya. Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye: Mahli, Libni, Simei, Uza, Simea, Hagia kple Asaya. Fia David ɖo hadzihadzikpɔlawo kple hadzilawo be woakafu Yehowa le agbadɔ la me esime wòtsɔ nubablaɖaka la de eme megbe. Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu. Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale: Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale: Yoel, Samuel, Elkana, Yeroham, Eliel, Toax, Zuf, Elkana, Mahat, Amasai, Elkana, Yoel, Azaria, Zefania, Tahat, Asir, Ebiasaf, Korah, Izhar, Kohat, Levi, Israel. Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale: Berekia, Simea, Mikael, Baaseia, Malkiya, Etni, Zera, Adaya, Etan, Zima, Simei, Yahat, Gerson, Levi. Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale: Kisi, Abdi, Maluk, Hasabia, Amazia, Hilkia, Amzi, Bani, Semer, Mahli, Musi, Merari kple Levi. Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me. Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ. Aron ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar, Finehas, Abisua, Buki, Uzi, Zerahia, Merayot, Amaria, Ahitub, Zadok kple Ahimaaz. Du kple anyigba siwo wona Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me la woe nye: Hebron kple lãnyiƒe siwo ƒo xlãe le Yuda. (Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.) Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo. Hilen, Debir, Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo. Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu. Du siwo katã woma ɖe Kohat ƒe dzidzimeviwo dome le wuietɔ̃. Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi. Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo. Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo. Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo. Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo. Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo: Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer, Yokmeam kple Bet Horon, Aiyalon kple Gat Rimon kple eŋu lãnyiƒe. Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam. Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye: Golan le Basan kple Astarot. Isaka ƒe viwo tsɔ Kedes, Daberat, Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo. Aser ƒe viwo tsɔ Abdon, Masal Hukok kple Rehob kple woƒe lãnyiƒewo na wo. Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo. Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene. Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza, Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim Hesbon kple Yazer kple woƒe lãnyiƒewo na wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/7-5ca46db06d61f4a4c9cd525c1d9100df.mp3?version_id=1613,"Isaka ƒe viŋutsuwoe nye: Tola, Pua, Yasub kple Simrɔn; wo katã le ame ene. Tola ƒe viwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade (22,600). Izrahia nye Uzi ƒe vi. Izrahia ƒe viŋutsuwoe nye: Mikael, Obadia, Yoel kple Isia; wo ame atɔ̃ la katã nye dumegãwo. Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000). Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si. Aʋawɔla siwo nɔ Isaka ƒe viwo dome la nye ame akpe blaenyi-vɔ-adre (87,000), wode dzesi wo ɖe dzidzimegbalẽ la me. Benyamin ƒe viŋutsu etɔ̃awoe nye: Bela, Beker kple Yediael. Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri. Ame atɔ̃ siawo katã nye ƒomewo ƒe tatɔwo. Aʋawɔla siwo le woƒe dzidzimeawo me la nye ame akpe blaeve-vɔ-eve kple blaetɔ̃-vɔ-ene (22,034). Wode dzesi wo katã ɖe dzidzimegblalẽwo me. Beker ƒe viwoe nye: Zemira, Yoas, Eliezer, Elioenai, Omri, Yeremot, Abiya, Anatɔt kple Alemet. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve (20,200) nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo. Yediael ƒe vie nye: Bilhan, eye Bilhan ƒe viwoe nye: Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetan, Tarsis kple Ahisahar. Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli. Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Naftali ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yakob ƒe vi siwo Yakob srɔ̃ Bilha dzi me la woe nye: Yahziel, Guni, Yezer kple Salum. Manase ƒe vi siwo srɔ̃a si nye Arameatɔ dzi nɛ la, woe nye Asriel kple Makir, ame si va zu Gilead fofo. Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ. Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem. Ulam dzi Bedan. Ale ame siawoe nye Gilead ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo na Makir, ame si fofoe nye Manase. Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla. Semida ƒe viwoe nye: Ahian, Sekem, Likhi kple Aniam. Efraim ƒe vidzimeviwoe nye: Sutela, Via ŋutsu, Bered, ame si dzi Tahat, ame si dzi Eleada, ame si dzi Tahat, ame si dzi Zabad ame si dzi Sutela. Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo. Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ. Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta. Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera. Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale: Efraim dzi Refa, ame si dzi Resef, ame si dzi Tela ame si dzi Tahan, ame si dzi Ladan, ame si dzi Amihud, ame si dzi Elisama, ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua. Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe. Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo. Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Sera. Beria ƒe viwoe nye: Heber kple Malziel, ame si dzi Birzait. Heber ƒe viwoe nye: Yaflet, Somer, Hotam kple wo nɔvinyɔnu, Sua. Yaflet ƒe viwoe nye: Pasak, Bimhal kple Asvat, Nɔvia, Semer ƒe viŋutsuviwoe nye: Ahi, Rohga, Huba kple Aram. Helem ƒe viwoe nye: Zofa, Imna, Seles kple Amal. Zofa ƒe viwoe nye: Sua, Harnefer, Sual, Beri, Imra, Bezer, Hod, Sama, Sila, Itran kple Beera. Yeter ƒe viwoe nye: Yefune, Pispa kple Ara. Ula ƒe viwoe nye: Ara, Haniel kple Rizia. Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade (26,000)." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/8-db8c211e01f1059fea7f20e9db35d606.mp3?version_id=1613,"Benyamin ƒe ŋgɔgbevie nye: Bela, Asbel nye Via ŋutsu evelia eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Ahara, eneliae nye Noha eye atɔ̃liae nye Rafa. Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ada, Gera, Abihud, Abisua, Naaman, Ahoa Gera, Sefufan kple Huram. Ehud ƒe viwo nye hlɔ̃metatɔwo le Geba. Wolé wo le aʋa me eye woɖe aboyo wo yi Manahat. Woawoe nye: Naaman, Ahiya, Gera, ame si wogayɔna be Heglam, ame si dzi Uza kple Ahihud. Saharaim gbe srɔ̃a eveawo, Husim kple Baara. Edzi viwo kple Hodes, srɔ̃a yeyea le Moab nyigba dzi. Ɖeviawoe nye Yobab, Zibia, Mesa, Malkam, Yeuz, Sakia kple Mirma. Ame siawo katã va zu hlɔ̃mefiawo. Do ŋgɔ la, srɔ̃a Husim dzi Ahitub kple Elpaal nɛ. Elpaal ƒe viwoe nye: Eber, Misam, Semed, ame si tso Ono du kple Lod du kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. Via bubuwoe nye Beria kple Sema, hlɔ̃mefia siwo nɔ Aiyalon; wonya ame siwo nɔ Gat tsã la dzoe. Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Ahio, Sasak kple Yeremot. Beria ƒe viwoe nye: Zebadia, Arad, Eder, Mikael, Ispa kple Yoha. Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Zebadia, Mesulam, Hizku, Heber, Ismerai, Izlia kple Yobab. Simei ƒe viwoe nye: Yakim, Zikri, Zabdi, Elienai, Ziletai, Eliel Adaya, Beraya kple Simrat. Sasak ƒe viwoe nye: Ispan, Eber, Eliel, Abdon, Zikri, Hanan Hananiya, Elam, Antotiya, Ifdeya kple Penuel. Yehoram ƒe viwoe nye: Samserai, Seharia, Atalia, Yaaresia, Eliya kple Zikri. Ame siwo nye fiawo le hlɔ̃wo nu le Yerusalem woe nye: Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka. Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, Gedor, Ahio, Zeker kple Miklot, ame si dzi Simea. Ƒome siawo katã nɔ teƒe ɖeka le Yerusalem gbɔ. Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal. Yonatan dzi Mefiboset ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika. Mika ƒe viwoe nye: Pitɔn, Melek, Tarea kple Ahaz. Ahaz dzi Yehoiada eye eya hã dzi Alemet, Azmavet kple Zimri, ame si dzi Moza. Moza dzi Binea, ame si ƒe viwoe nye Rafa, Eleasa kple Azel. Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye: Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan. Azel nɔviŋutsu, Esek dzi viŋutsu etɔ̃; gbãtɔe nye Ulam, eveliae nye Yeus eye etɔ̃liae nye Elifelet. Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/9-5d28d9636123012130624856c4f2f043.mp3?version_id=1613,"Wode Israelvi ɖe sia ɖe ƒe ƒome Israel fiawo ƒe agbalẽ me pɛpɛpɛ. Woɖe aboyo Yudatɔwo yi Babilonia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta. Ame gbãtɔ siwo trɔ gbɔ eye woganɔ woƒe du xoxoawo me la woe nye ƒome siwo dzɔ tso Israel me kple nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me. Emegbe la, ame aɖewo tso Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase ƒe ƒomewo me gbɔ va ɖo Yerusalem. Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome. Silonitɔwo hã trɔ gbɔ. Ame siwo nɔ Silonitɔwo dome la woe nye: Asaya, Silon ƒe viŋutsu tsitsitɔ kple via ade kple Zera ƒe viwo, ame siwo dome Yeuel kple eƒe dzidzimeviwo nɔ. Wo katã wode ame alafa ade blaasieke (690). Benyamin ƒe vi siwo gbɔ la woe nye: Salu, Mesulam ƒe vi, Hodavia kple Hasenua ƒe tɔgbuiyɔvi, Ibnea, Yeroham ƒe vi; kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi; kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya. Ame siawo katã nye hlɔ̃mefiawo. Benyamin ƒe dzidzimevi siawo nye ame alafa asiekɛ blaatɔ̃-vɔ-ade (956). Nunɔla siwo trɔ gbɔ la woe nye: Yedaia, Yehoyarib, Yakin, Azaria nye Hilkia ƒe vi, ame si fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Zadok, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub. Zadok nye amegã na nudzikpɔlawo le gbedoxɔ la me. Nunɔla siwo trɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adaya, Yeroham ƒe vi, ame si nye Pasur ƒe vi, ame si nye Malkiya ƒe vi. Nunɔla bubuwoe nye: Masai, ame si nye Adiel ƒe vi, ame si nye Yahzera ƒe vi, ame si nye Mesulam ƒe vi, ame si nye Mesilemit ƒe vi, ame si nye Imer ƒe vi. Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade (1,760). Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me. Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye: Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me. Levi ƒe vi bubu siwo trɔ gbɔ la woe nye: Bakbakar, Heres, Galal, Matania, Mika ƒe vi, ame si nye Zikri ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe vi; kple Obadia, Semaya ƒe vi, Galal ƒe vi kple Berekia, Asa ƒe vi, ame si nye Elkana ƒe vi, ame si nɔ Netofatitɔwo ƒe anyigba dzi. Agbonudzɔlawoe nye: Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ. Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome. Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene. Finehas, Eleazar ƒe vi, nye woƒe amegã gbãtɔ le blema eye Yehowa nɔ kplii. Le ɣe ma ɣi la, Zekaria, Meselemia ƒe vi dzɔ Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe agbonu ŋu. Ame siwo katã wotia be woanye agbonudzɔlawo la ƒe xexlẽme le alafa eve wuieve (212). Wotia wo tso woƒe kɔƒewo me ɖe woƒe dzidzimegbalẽ nu. David kple nukpɔla Samuel woe de agbonudzɔdɔ asi na agbonudzɔlawo. Woawo kple woƒe dzidzimeviwoe dzɔa Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, aƒe si woyɔna be Agbadɔ. Woda agbonudzɔlawo ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe. Enɔ na wo nɔviŋutsu siwo nɔ woƒe kɔƒewo me be woava tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi akpe ɖe wo ŋuti le woƒe dɔwɔnawo me ŋkeke adre. Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo. Zã sia zã la, woƒoa xlã Mawu ƒe aƒe la eye wodzɔa eŋu elabena woƒe dɔe nye be woadzɔ eŋu eye le esia ta safui la nɔa wo si be woaʋu agbo la ŋdi sia ŋdi. Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye woakpɔ agba vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le mawusubɔsubɔ me la dzi, woaxlẽ wo ne wotsɔ wo vɛ kple ne wotsɔ wo do goe. Ame bubuwo ƒe dɔe nye woakpɔ xɔmenuwo kple nu siwo le Kɔkɔeƒe la me kple wɔ memi kple wain, ami kple dzudzɔdonu kple atike ʋeʋĩwo dzi. Ke atikeʋeʋĩawo tɔtɔ nye nunɔla aɖewo ƒe dɔ. Levitɔ aɖe si ŋkɔe nye Matitia, Korahitɔ Salum ƒe viŋutsu ŋgɔgbeae nye ame si wotsɔ abolo si wotsɔna saa vɔe ƒe meme ƒe dɔ de asi na. Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe. Ame siwo nye hadzilawo kple Levitɔwo ƒe ƒometatɔwo la, nɔa gbedoxɔ la ƒe xɔwo me. Womegaɖoa dɔ bubu aɖeke na wo o elabena wowɔa dɔ le ŋkeke me kple zã me siaa. Ame siawo katã nye Levi ƒomewo ƒe tatɔwo kple hlɔ̃memetsitsiwo abe ale si wòdze le woƒe dzidzimegbalẽ la me ene eye wonɔ Yerusalem. Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka. Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, Gedor, Ahio, Zekaria kple Miklot. Miklot kple via Simeam nɔ Yerusalem te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu. Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal. Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika. Mika ƒe viwoe nye: Pitɔn, Melek, Tahrea kple Ahaz. Ahaz dzi Yada, ame si dzi Alemet, Azmavet kple Zimri; ame si nye Moza fofo. Moza dzi Binea, Refaya, Eleasa kple Azel. Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye: Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/10-3651525484f5895f054ca9ff15449581.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu. Esi eƒe akpoxɔnutsɔla la kpɔ be eku la, eya hã wu eɖokui nenema ke. Ale Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ku gbe ɖeka eye ƒome blibo la tsrɔ̃. Esime Israelvi siwo nɔ balime la le toa te se be wowu yewoƒe aʋawɔlawo eye Saul kple viawo hã ku la, wosi dzo le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me. Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu da ɖe woƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ta ku gli ŋu le Dagon ƒe gbedoxɔ me. Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ. Saul ku le eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta. Ke esi mebia Yehowa be wòafia nu si yeawɔ o la ta, Yehowa na wòku eye wòtsɔ eƒe fiaɖuƒe la na David, Yese ƒe vi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/11-09fa2b260e18346c084c9a44b0e877ae.mp3?version_id=1613,"Israel ha blibo la va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, “Wò ŋutilã kple ʋue míenye. Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’ ” Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene. Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo. Wogblɔ na David be, “Màge ɖe afi sia o.” Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David ƒe Du.” David gblɔ be, “Ame sia ame si atre Yebusitɔwo sisi la, azu aʋafia.” Yoab, Zeruya ƒe viŋutsu dze Yebusitɔwo dzi gbã eye wòzu aʋafia la. David nɔ mɔ la me eya ta woyɔa du la ƒe akpa ma be, David ƒe Du. Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu. David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la nɔ kplii. David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃. Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me. Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ David ŋu le aʋa si Israelviwo wɔ kple Filistitɔwo le Pas Damim la me. Lu le agble aɖe me fũ le afi ma. Ke Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si le Filistitɔwo nu. Ke wotɔ ɖe agble la titina, hexɔe eye wowu Filistitɔwo. Yehowa na woɖu dzi gã aɖe. Le ɣe bubu ɣi la, David ƒe aʋafia blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ yi David gbɔ le esime wòbe ɖe agado aɖe me le Adulam. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim balime. David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbonu la me vɛ nam la anyo ŋutɔ.” Ke ame etɔ̃awo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume. Egblɔ be, “Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo de woƒe agbe ke la ƒe ʋua?” Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi la vɛ nɛ ta la, David menoe o. Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ (300) kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. Eyae nye tatɔ kple ame xɔŋkɔ le Ŋutsu Sesẽ Etɔ̃awo dome eye wòzu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã. Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la, wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. Eye wòwu Egiptetɔ aɖe, ame si ƒe kɔkɔme anɔ mita eve kple afã. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ si tri abe abaladoti ene ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui. Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu. Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elhanan, Dodo ƒe vi tso Betlehem; Samɔt Haroritɔ, Helez, Pelɔnitɔ, Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa; Abiezer, tso Anatɔt; Sibekai tso Husat; Ilai Ahohitɔ; Maharai tso Netofat; Heled, Baana ƒe vi tso Netofat; Itai, Ribai ƒe vi, Benyamin tso Gibea; Benaya tso Piratɔn; Hurai tso Gaas tɔʋu la gbɔ; Abiel tso Arbat; Azmavet tso Baharum; Eliahba tso Saalbɔn; Hasem ƒe viwo tso Gizon; Yonatan, Sagee ƒe vi, tso Harar; Ahiam, Sakar ƒe vi, tso Harar; Elifal, Ur ƒe vi, Hefer tso Mekerat; Ahiya tso Pelɔn; Hezro tso Karmel; Naarai, Ezbai ƒe vi; Yoel, Natan nɔvi; Mibhar, Hagri ƒe vi; Zelek tso Amon, Naharai tso Beerot, ame si nye Zeruya vi, Yoab ƒe aʋawɔnuwo tsɔla; Ira, tso Yatir; Gareb tso Yatir; Uria, Hititɔ la; Zabad, Ahlai ƒe vi; Adina, Siza ƒe vi, tso Ruben ƒe viwo dome eye wònɔ Ruben ƒe viwo kplɔla blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛawo dome; Hanan, Maaka ƒe vi; Yosafat Mitnitɔ; Uzia, tso Asterat; Sama kple Yeiel, Hotam ƒe viwo tso Aroer; Yediael, Simri ƒe vi kple nɔvia Yoha, tso Tizi; Eliel tso Mahavi; Yeribai kple Yosavia, ame siwo nye Elnaam ƒe viwo; Itma tso Moab; Eliel; Obed kple Yaasiel tso Mezoba." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/12-145bdf29735640ee56a7d4d6bd0e306b.mp3?version_id=1613,"Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me. Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene. Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye: Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo, Beraka Yehu tso Anatɔt, Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo; Yeremia, Yahaziel, Yohanan, Yozabad tso Gederat, Eluzai, Yerimot, Bealia, Semeria, Sefatia tso Haruf; Elkana, Isia, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, ame siwo katã nye Korah ƒe viwo; Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo. Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi. Ezer nye woƒe tatɔ, Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab. Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia, Atai nye adelia, Eliel nye adrelia, enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad; ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai. Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu. Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe. Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me. David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.” Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be, “Oo David, tɔwòwoe míenye! Oo Yese viŋutsu, míeli kpli wò! Ŋutifafa, ŋutifafa na wò eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò, elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo.” Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe adzohawo nu. Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”) Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase. Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene. Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye: Ame akpe ade alafa enyi (6,800) tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo; aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka (7,100) tso Simeon ƒe viwo dome; ame akpe ene alafa ade (4,600) tso Levi ƒe viwo dome. Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre (3,700) Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome. Ame akpe etɔ̃ (3,000) tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi. Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi (20,800) tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me. Woɖo ame akpe wuienyi (18,000) ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia. Kplɔla alafa eve (200) kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ. Ame akpe blaatɔ̃ (50,000) tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo. Aʋamegã akpe ɖeka (1,000) kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre (37,000), ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome. Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade (28,600) tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ. Ame akpe blaene (40,000) tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ. Ame akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi. Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia. Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava. Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/13-1f909f65016911dd86dd4b2150963907.mp3?version_id=1613,"David de aɖaŋu kple eƒe aʋafiawo kple asrafo akpewo kple alafawo nunɔlawo. Emegbe la, egblɔ na Israel ha blibo la be, “Nenye be edze mia ŋu eye wònye Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu la, mina míaɖo du ɖe kpuiƒe kple didiƒe siaa ɖe mía nɔvi mamlɛ siwo le Israel ƒe anyigbawo katã dzi. Nenema ke míaɖo du ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo, ame siwo nɔ anyi kpli wo le woƒe duwo kple lãnyiƒewo me be woava kpe ɖe mía ŋu. Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o.” Ame sia ame lɔ̃ ɖe nya sia dzi enumake elabena nya la dze wo ŋu. Ale David yɔ Israelviwo katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim. Ale Fia David kple Israel dukɔ blibo la yi Baala, si nye Kiriat Yearim le Yuda be yewoatsɔ Mawu Yehowa ƒe nubablaɖaka si woda ɖe kerubiwo tame la vɛ. Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo. David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Mawu ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, asiʋuiwo, gakogoewo kple kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu. Ke esi woɖo lugbɔƒe le Kidon la, Uza do asi ɖa be yeadzɔ nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu eye wòwui ɖe esi wòka asi nubablaɖaka la ŋu ta. Ale Uza ku ɖe afi ma le Mawu ƒe ŋkume. David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be, Perez Uza si, gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe. Azɔ David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke mawɔ hafi ate ŋu atsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” Eya ta David metsɔ nubablaɖaka la va eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, ke boŋ ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me. Nubablaɖaka la nɔ afi ma le Obed Edom kple eƒe ƒometɔwo gbɔ ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom ƒe ƒome kple nu sia nu si le esi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/14-cb0816ca5272683c75e7f6b9892a382f.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti be woatu fiasã nɛ. Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo. Esi David ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo. Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo, Ibhar, Elisua, Elpelet, Noga, Nefeg, Yafia, Elisama, Beeliada kple Elifelet. Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge. Filistitɔwo nɔ nuwo ham le Refaim balime. David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.” Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.” Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã. Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me. David gabia nu si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, “Mègaho dze wo yome me o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ. Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi elabena esia afia be, Mawu dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.” Ale David wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va se ɖe Gezer. David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be dukɔwo katã navɔ̃e." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/15-bff4b724bbac8b74c4210659d73b4a7a.mp3?version_id=1613,"Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la, hetu agbadɔ nɛ eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.” Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ. Eyɔ Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu: Ame alafa ɖeka blaeve (120) tso Kohat ƒe viwo dome, woƒe Nunɔlae nye Uriel. Ame alafa eve blaeve (220) si nu, Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome. Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) siwo nu, Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome. Ame alafa eve (200) siwo nu, Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome. Ame blaenyi, ame siwo nu, Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome, eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome. David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo eye wògblɔ na wo be, “Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ. Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.” Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu. Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu. Fia David na Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo ƒe ɖiɖi ŋu. Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi, tso Merari ƒe viwo dome. Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo. Wotia Heman, Asaf kple Etan be woaƒo akɔbligakogoewo eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. Ame siwo wotia be woaƒo kasaŋku gbegãtɔwo ɖe seminit ƒe gbeɖiɖi nu woe nye: Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom, Yeiel kple Azazia. Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta. Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la ŋu dzɔlawo. Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu. Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso. Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe. Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi. Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem. Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/16-3ff401bc3a34e15dbe3daec68179df9b.mp3?version_id=1613,"Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume. Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye: Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo. Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe. Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf. Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome. Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo; Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye. Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, Midi eƒe ŋkume ɖaa. Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi. O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo, O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia. Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu! Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi. Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa, Eƒe nu si wòbla kple Abraham, kple atam si wòka na Isak la dzi. Eɖo kpe edzi na Yakob Abe sedede ene eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be: “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene!” Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la, Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la, Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o Eka mo na fiawo le wo ta Mawu gblɔ na fia mawo be, “Migaka asi nye amesiaminawo o eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.” Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa, Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe, Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome. Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo. Ke Yehowae wɔ dziƒowo. Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me. O mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa. Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ. Mido ɖe eŋkume kple nunana. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me. Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume. Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o. Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi. Wonegblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.” Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye! Ekema avemetiwo katã adzi ha Woadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume, Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba. Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí, Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me. Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.” Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la Tso mavɔ me yi mavɔ me. Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.” David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo. Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma. Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene. David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta. Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo. Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/17-ecb1969d02279ce43c86c8a805e89b90.mp3?version_id=1613,"Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Mele xɔ siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te.” Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli wò.” Ke Mawu gblɔ na Natan le zã ma me be, “Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o. Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe. Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’ “Gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi; menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me. Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na wò be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na wò. “ ‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe. Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple lɔ̃lɔ ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene o. Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’ ” Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David. Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene. “Nya kae David agagblɔ na wò le bubu si nède wò dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya wò dɔla, Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã. “Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu aɖeke meli o negbe wò ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene. Eye dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. Èwɔ Israel, wò dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye wò, Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu. “Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme. “Wò, nye Mawu, èɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ eya ta dzideƒo le wò dɔla si be wòado gbe ɖa na wò. Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ wò ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/18-ae0cbbe4aea69fb6622909fd7e13df25.mp3?version_id=1613,"Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, exɔ Gat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe le Filistitɔwo si. David ɖu Moabtɔwo hã dzi, wozu etenɔlawo eye woxea adzɔga nɛ. Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to. David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko. Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi. David tsɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ƒe sikakpoxɔnuwo va Yerusalem, kpe ɖe akɔbli geɖe tso Hadadezer ƒe du siwo nye Teba kple Kun la me la ŋu. Emegbe la, Fia Solomo lolo akɔbli la eye wòtsɔe wɔ gbedoxɔ la ƒe akɔbligazɔ kple akɔblisɔtiwo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna ne wole vɔ sam le vɔsamlekpui la dzi. Esime Hamat fia Tou se be Fia David si Zoba fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la, eɖo Via ŋutsu Hadoram ɖe Fia David gbɔ be wòado gbe nɛ, ada ŋkɔ ɖe edzi le eƒe dziɖuɖu ta eye wòatsɔ sika, klosalo kple akɔbli nɛ. Edi be yeawɔ ɖeka kple Fia David elabena eya kple Hadadezer nye futɔwo eye wowɔ aʋa geɖewo. Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa. Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime. Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi. David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame. Yoab, Zeruya ƒe vi, nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye fia ƒe tsiami. Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Sausa nye fia la ƒe nuŋlɔla. Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/19-c538eaeecee1a10972ed38a81e2fed5a.mp3?version_id=1613,"Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, Amonitɔwo ƒe fia, Nahas, ku eye Via ŋutsu ɖu fia ɖe eteƒe. David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va tu Hanun le Amonitɔwo ƒe anyigba dzi be yewoado babaa nɛ la, Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe ame siawo va be yewoatsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?” Nu sia na Fia Hanun lé Fia David ƒe amewo. Ena wolũ ge na wo eye wolã woƒe awuwo le woƒe agɔnu ale be woɖe amama ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo. Ke esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na David la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ. Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Hanun kple Amonitɔwo tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade be woaɖada aʋatasiaɖamwo kple wo dolawo tso Aram Naharaim, Aram Maaka kple Zoba. Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe. Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa. Amonitɔwo do go va woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ, eye fia siwo va la le aʋagbedzi wo tɔ wo tɔe. Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo. Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo. Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò. “Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.” Tete Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le nɔvia Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem. Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te. Esi wogblɔ nya sia na David la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Yɔdan eye wodze aʋa ɖe wo ŋu. David ho aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu eye Aramtɔwo wɔ aʋa kplii. Ke Aramtɔwo si le Israel nu eye David wu woƒe tasiaɖamŋusɔdola akpe (7,000) adre kple asrafo afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ewu woƒe aʋafia Sofak hã. Esi Hadadezer ƒe amewo kpɔ be Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple David eye wozu etenɔlawo. Tso esia dzi la, Aramtɔwo megakpe ɖe Amonviwo ŋu le woƒe aʋawɔwɔ me kpɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/20-3404408626ccb5ec31f25c21558a010f.mp3?version_id=1613,"Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, Yoab nɔ ŋgɔ na asrafohawo. Ewɔ Amonitɔwo ƒe anyigba wòtrɔ zu gbegbe eye woɖaɖe to ɖe Raba, ke David nɔ Yerusalem. Yoab dze Raba dzi eye wòwɔe wòzu aƒedo. David ɖe fiakuku le woƒe fia, Milkom ƒe ta eye wotsɔe ɖɔ na Fia David. Fiakuku la ƒe kpekpeme anɔ sika kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye wotsɔ kpe xɔasiwo ɖo atsyɔ nɛ. Woha afunyinu geɖe le du la me. Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ laxalaxadɔwo, fiwo kple fiadɔwo. David wɔ alea le Amonitɔwo ƒe duwo katã me. Emegbe David kple eƒe aʋakɔ blibo la gbugbɔ yi Yerusalem. Egawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer, ke Sibekai, ŋutsu aɖe tso Husat, wu Sipai, si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka ale Filistitɔwo na ta. Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo me la, Elhanan, Yair ƒe vi, wu Lahmi, Goliat nɔvi, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene. Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi. Esi wòɖu fewu le Israel ŋu la, David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi, Yonatan wui. Ame siawo nye Rafa ƒe dzidzime viwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/21-e960147345f39214f412cee1965a1b2e.mp3?version_id=1613,"Eva eme be Satana tsi tsitre ɖe Israel ŋu eye wòdee David me be wòaxlẽ Israel blibo la. David gblɔ na Yoab kple kplɔla bubuawo be, “Miɖaxlẽ Israelviwo tso Beerseba va se ɖe Dan eye miana manya woƒe xexlẽme.” Ke Yoab melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Ebia David be, “Ne Yehowa na eƒe amewo dzi ɖe edzi zi alafa ɖeka hã la, ɖe wo katã manye tɔwòwo oa? Nu ka ta nèle didim be míawɔ nu sia? Nu ka ta nàna Israel nakpɔ fɔbubu?” Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ta la, Yoab wɔ nu si wòɖo nɛ. Ezɔ mɔ to Israelnyigba blibo la dzi eye wòtrɔ yi Yerusalem. Yoab gblɔ na David be, ame siwo ate ŋu awɔ aʋa la nye ame miliɔn ɖeka akpe alafa ɖeka (1,100,000) le Israel kple ame akpe alafa ene blaadre (470,000) le Yuda. Ke mexlẽ Leviviwo kple Benyaminviwo de ame siawo me o elabena mekpɔ dzidzɔ le nu si fia la zi edzi be wòawɔ la ŋu o. Mawu hã mekpɔ dzidzɔ le amexexlẽ sia ŋu o, eya ta wòhe to na Israel ɖe eta. David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃, meɖe kuku, tsɔe kem, medze si nu vɔ̃ si mewɔ le nu sia wɔwɔ me.” Yehowa gblɔ na Gad, ame si nye nukpɔla na David be, “Yi, nàgblɔ na David be, ‘Nya si Yehowa gblɔe nye: Metsɔ nu etɔ̃ le dadam ɖe wò ŋkume. Tia wo dometɔ ɖeka ne mawɔ eŋu dɔ ɖe ŋutiwò.’ ” Ale Gad yi David gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Tsɔ ɖeka le nu etɔ̃awo dome. Ne èlɔ̃ la, àtia be dɔwuame nava anyigba la dzi ƒe etɔ̃ loo, alo Israel ƒe futɔwo nasi mi ɣleti etɔ̃ loo alo Yehowa ƒe dɔla nana dɔvɔ̃ nawu amewo le anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃. Bu eŋuti nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si matsɔ ayi na ame si dɔm la.’ ” David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na madze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.” Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi eye wòwu ame akpe blaadre (70,000). Le dɔvɔ̃ la ƒe ɣeyiɣi me la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa be wòagbã Yerusalem, ke egakpɔ nublanui na du la ale gbegbe be, wòtrɔ ta me eye wòɖe gbe na mawudɔla la be, “Esɔ gbɔ!” Mawudɔla la nɔ tsitre ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe ɣe ma ɣi. Esi David kpɔ mawudɔla la wònɔ tsitre ɖe dziƒo kple anyigba dome, ɖe eƒe yi le aku me eye wòdoe ɖe Yerusalem gbɔ la, eya kple Israel ƒe ametsitsiwo ta akpanya eye wodze anyi ɖe Yehowa ŋkume, le konyifafa me. David gblɔ na Mawu be, “Nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃ be mena be woaxlẽ amewo. Ke nu kae alẽ siawo ya wɔ? Oo, Yehowa, nye Mawu, tsrɔ̃ nye kple nye ƒome, ke mègatsrɔ̃ wò amewo o.” Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Gad be wòagblɔ na David be wòatu vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe. Ale David wɔ ɖe nya si Gad gblɔ nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me la dzi. Esime Arauna nɔ lu gbɔm la, enye kɔ eye wòkpɔ mawudɔla la; Via ŋutsu ene siwo nɔ egbɔ la, ɣla wo ɖokuiwo. Esi David va Arauna gbɔ eye Arauna fɔ kɔ dzi kpɔe la, Arauna dzo le lugbɔƒe la eye wòɖade ta agu tsyɔ mo anyi ɖe David ƒe ŋkume. David gblɔ na Arauna be, “Tsɔ wò lugbɔƒe la nam ale be maɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe edzi be dɔvɔ̃ si le dukɔa dzi la nu natso. Dzrae nam ɖe asi si wòaxɔ tututu la nu.” Arauna gblɔ na David be, “Xɔe! Nye aƒetɔ, fia la newɔ nu sia nu si dze eŋu. Kpɔ ɖa, mana nyitsu hena numevɔsa la, luƒotiwo hena nake eye lu hena nuɖuvɔsa la. Matsɔ esiawo katã na wò.” Fia David ɖo eŋu na Arauna be, “Ao, maƒlee ko. Maxe fe si dze la, ɖe eta. Nyemate ŋu atsɔ nu si nye tɔwò la asa vɔe na Yehowa, asa numevɔ kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o!” Ale David xe sikaga kilogram adre na Arauna ɖe lugbɔƒe la ta. David ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ le edzi. Edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa ɖo eŋu nɛ heɖo dzo ɖa tso dziƒo wòva bi vɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Tete Yehowa ɖe gbe na mawudɔla la be wòatsɔ eƒe yi la ade aku me. Le ɣe ma ɣi me, esi David kpɔ be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu le Yebusitɔ, Arauna ƒe lugbɔƒea la, esa vɔwo le afi ma. Yehowa ƒe Agbadɔ si Mose tu le gbedzi ƒe vɔsamlekpui si dzi wowɔ numevɔsa le ɣe ma ɣi me la nɔ Gibeon ƒe vɔsaƒe. Ke David mete ŋu yi vɔsaƒe la ne wòabia gbe Yehowa o elabena evɔ̃ na Yehowa ƒe dɔla la ƒe yi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/22-95f10f6262b19ae7e998be8c4f992680.mp3?version_id=1613,"Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.” Azɔ la, David na be amedzro siwo katã nɔ Israelnyigba dzi la nakpa kpe na gbedoxɔ la tutu. Emegbe la, wotsɔ gayibɔ tu gatagbadzɛwo na ʋɔtruwo kple agbowo kple nulégawo. Wololo akɔbli wòsɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu adae o. Tirotɔwo kple Sidontɔwo tso sedati geɖewo vɛ na David. David gblɔ be, “Vinye Solomo nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, evɔ ele be Yehowa ƒe gbedoxɔ la nanye xɔ nyui, wɔnuku, xɔŋkɔ aɖe le xexe blibo la me eya ta made asi dzadzraɖowɔwɔ me na etutu tso fifia.” Ale David ƒo ƒu xɔtunuawo da ɖi hafi eƒe kuɣi ɖo. Azɔ la, egblɔ na ƒe via Solomo be wòatu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Egblɔ na Solomo be, “Vinye, medi be nye ŋutɔ matu gbedoxɔ la hafi, ke Yehowa meɖe mɔ nam o. Egblɔ nam be, ‘Èwu ame geɖewo akpa le aʋa gãwo me. Èna anyigba biã le nye ŋkume eya ta menye wòe atu nye gbedoxɔ la o. Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi. Eyae atu nye gbedoxɔ la, anɔ abe nye ŋutɔ vinye ene eye manye fofoa. Mana ƒe viawo kple viawo ƒe viwo naɖu fia to Israel ƒe dzidzimewo katã me!’ “Eya ta Yehowa nanɔ kpli wò eye wòana nuwo nadze edzi na wò esi nànɔ nu siwo wòɖo na wò la wɔm eye nànɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tum. Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi. “Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu! “Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450), klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ (34,500) kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa. Gawu la, kpeɖolawo kple atikpalawo kple aɖaŋudɔwɔla vovovowo le asiwò. Aɖaŋudɔwɔla siawo nya sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ ŋu dɔ wɔwɔ nyuie eya ta dze dɔ la gɔme eye Yehowa nanɔ kpli wo.” Ale David ɖe gbe na Israel ƒe kplɔlawo katã be woakpe ɖe ye vi, Solomo ŋu le gbedoxɔ la tutu me. Egblɔ be, “Yehowa, miaƒe Mawu la nanɔ kpli mi. Ena ŋutifafa ɖo miawo kple dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome elabena Yehowa ƒe ŋkɔ mee meɖu wo dzi le hena eƒe amewo. Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/23-2206588ab98079c0cbc40b0e51fc95f4.mp3?version_id=1613,"Esi David tsi, ku amegã eye wòxɔ ƒe geɖe la, etsɔ Via ŋutsu Solomo ɖo Fiae ɖe Israel nu. Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo. Woxlẽ Levitɔ siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo eye wode ame akpe blaetɔ̃-vɔ-enyi (38,000). David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade (6,000) nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo. Ame akpe ene (4,000) anye agbonudzɔlawo eye akpe ene (4,000) nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.” Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha. Woma Gerson ƒe viwo hã ɖe akpa eve me eye wotsɔ Gerson ƒe viwo Ladan kple Simei ƒe ŋkɔwo na wo. Ladan ƒe viŋutsuwoe nye, Yehiel, ame si nye gbãtɔ, Zetam kple Yoel. Wo ame etɔ̃e. Simei ƒe viŋutsuwoe nye, Selomot, Haziel kple Haran. Wo ame etɔ̃e. Ame siawoe nye Ladan ƒome la ƒe tatɔwo. Simei ƒe viŋutsuwoe nye: Yahat, Ziza, Yeus kple Beria. Ame siawoe nye Simei viwo. Wole ame ene. (Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.) Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi. Wobu Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe viŋutsuwo ɖe Levitɔwo dome. Mose ƒe viŋutsuwoe nye, Gersom kple Eliezer. Gersom ƒe dzidzimeviwoe nye, Subael, ame si nye viŋutsu gbãtɔ. Eliezer ƒe vi: Rehabia nye vi ɖekɛ kple gbãtɔ eye wònye hlɔ̃ la ƒe tatɔ. (Eliezer megadzi vi aɖeke o, ke Rehabia viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.) Izhar ƒe viwo ƒe tatɔe nye Selomit. Hebron ƒe viwo ƒe tatɔe nye, Yeria, via eveliae nye Amaria, etɔ̃liae nye Yahaziel eye eneliae nye Yekameam. Uziel ƒe vi gbãtɔe nye, Mika eye eveliae nye Isia. Merari ƒe viwoe nye, Mahli kple Musi. Mahli ƒe viwoe nye, Eleazar kple Kis. Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o, via nyɔnuwo ɖe wo fofo nɔvi, Kis ƒe viŋutsuwo. Musi ƒe viwoe nye Mahli, Eder kple Yeremot. Le amexexlẽ la me la, woda Levi ƒe vi siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ɖe hlɔ̃ kple aƒekɔ siawo me eye woɖo na wo be woawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ la me elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi. Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.” Levitɔwo xexlẽe nye nu mamlɛtɔ si David wɔ hafi ku. Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me. Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi. Enɔ na wo hã be woatsi tsitre ada akpe, akafu Mawu ŋdi sia ŋdi. Woawɔ alea fiẽ sia fiẽ hã. Nenema kee woawɔ nenye be wole numevɔwo sam na Yehowa le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzi, Dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi. Enɔ na wo be woasubɔ le Yehowa ŋkume le agbɔsɔsɔ aɖe sinu me ɣe sia ɣi le ɖoɖo si wogblɔ ɖa ɖi na wo la nu. Ale Levitɔwo wɔa woƒe dɔdeasiwo le Agbadɔ la me, le Kɔkɔeƒe la me eye wowɔnɛ le wo nɔvi siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la ƒe dzikpɔkpɔ te. Wowɔa dɔ siawo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/24-b854be9ef45bc9c1f4ff2fa4d6ca22d8.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me. Aron ƒe viŋutsuwo nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene. David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me. Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu. Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me. Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe. Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu: Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia. Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim. Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Seorim. Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya. Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Miyamin. Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz. Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Abiya. Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua. Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania. Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib. Hatsotso wuievelia ƒe kplɔlae nye Yakim. Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa. Hatsotso wuienelia ƒe kplɔlae nye Yesebeab. Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga. Hatsotso wuiadelia ƒe kplɔlae nye Imer. Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir. Hatsotso wuienyilia ƒe kplɔlae nye Hapizez. Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia. Hatsotso blaevelia ƒe kplɔlae nye Hezekiel. Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin. Hatsotso blaeve-vɔ-evelia ƒe kplɔlae nye Gamul. Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya eye hatsotso blaeve-vɔ-enelia ƒe kplɔlae nye Mazia. Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene. Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo: Yehdeia dzɔ tso Amram me to Sebuel dzi; Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi; Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi; Hebron viwoe nye: Yeria nye gbãtɔ, Amaria nye evelia, Yahaziel nye etɔ̃lia eye Yekameam nye enelia. Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi; Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi; Mahli Musi kple Yaazia nye Merari ƒe dzidzimeviwo; Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si; woawoe nye: Soham, Zakur kple Ibri; Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o. Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel. Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si. Esiawoe nye Leviviwo le woƒe ƒome nu. Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/25-ef0ee4c29a4dcff993d7049ef4b7e441.mp3?version_id=1613,"David kple eƒe aʋafiawo ɖe Asaf ƒe viŋutsu aɖewo ɖe aga, Heman kple Yedutun na nyagbɔgblɔɖi ƒe dɔ eye kasaŋku, gakasaŋku kple asiʋuiwo ƒoƒo kplɔa wo ɖo. Ŋutsu siwo wɔa dɔ sia la ƒe ŋkɔwoe nye: Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome: Zakur, Yosef, Netania kple Asarela. Asaf ƒe viwo nɔ Asaf ƒe kpɔkplɔ te, ame siwo gblɔa nya ɖi nɔ fia la ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te. Ame siwo tso Yedutun ƒe viŋutsuwo dome la woe nye: Gedalia, Zeri, Yesaya, Simei, Hasabia kple Matitia. Wo katã le ame ade eye wonɔ wo fofo, Yedutun ƒe kpɔkplɔ te. Woawoe nye ame siwo gblɔa nya ɖi eye woƒoa kasaŋku, daa akpe eye wokafua Yehowa. Ame siwo tso Heman ƒe viŋutsuwo domee nye: Bukia, Matania, Uziel, Subael kple Yerimot, Hananiya, Hanani, Eliata, Gidalti kple Romamti, Ezer, Yosbekasa, Maloti, Hotir kple Mahaziot. (Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.) Ŋutsu siawo katã nɔ wo fofo ƒe kpɔkplɔ te be woatsɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aƒo hawo le subɔsubɔ me le Mawu ƒe aƒe me. Asaf, Yedutun kple Heman nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te. Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi. Wotia hadzilawo to nudzidze me eye womebu nufiala alo nusrɔ̃vi ŋu o. Nudzidze gbãtɔ dze Yosef si tso Asaf ƒe ƒome me kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze evelia dze Gedalia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze enelia dze Izri kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze atɔ̃lia dze Netania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze adelia dze Bukia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze adrelia dze Yesarela kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze enyilia dze Yesaya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze asiekelia dze Matania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze ewolia dze Simei kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuievelia dze Hasabia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuietɔ̃lia dze Sebuel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuienelia dze Matitia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuiadelia dze Hananiya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuienyilia dze Hanani kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze blaevelia dze Eliata kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze blaeve-vɔ-ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze blaeve-vɔ-evelia dze Gidalti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze blaeve-vɔ-etɔ̃lia dze Mahaziot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/26-0813013ff702aebb7e945d925e58abfa.mp3?version_id=1613,"Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si: Tso Korah ƒe viwo dome: Meselemia, Kore ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka. Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Zekaria, Yediael, Zebadia, Yatniel, Elam, Yehohanan kple Eliehoenai. Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Semaya, Yehozabad, Yoa, Sakar, Netanel, Amiel, Isaka kple Peuletai. Mawu yrae kple viŋutsu enyi! Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu. Semaya ƒe viŋutsuwoe nye esiawo: Otni, Refael, Obed kple Elzabad; Semaya ƒe ƒometɔ Elihu kple Semakia hã nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ. Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ. Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo. Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la, tia Simri tso viawo dome abe tatɔ ene togbɔ be menye eyae nye tsitsitɔ o hã. Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Hilkia, vi evelia, Tebalia, vi etɔ̃lia kple Zekaria, vi enelia. Hosa ƒe viwo kple nɔviawo de ame wuietɔ̃. Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me. Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me. Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu. Woda akɔ na ƒe Via ŋutsu, Zekaria, ame si nye aɖaŋuɖola nyui aɖe eye akɔdada la na be wòadzɔ Anyiehegbo la ŋu. Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu, kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu. Woma dzɔlawo ƒe dɔ na wo sɔsɔe. Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu, ame ene dzɔa anyiehegbo la ŋu, ene dzɔa dziehegbo la ŋu, eye ame eve dzɔa nudzraɖoƒe la ŋu gbe sia gbe. Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe. Wotia gbedoxɔŋudzɔlawo tso Korah ƒe viwo kple Merari ƒe viwo dome. Levitɔ bubuawo kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe siwo me wodaa nu siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi. Ƒome geɖewo dzɔ tso Ladan, Gerson ƒe viwo dometɔ ɖeka me; Yehieli ƒe vi ƒe ƒome hã nɔ wo dome. Yehieli ƒe vi bubu eveawo, Zetam kple Yoel, kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe dzi. Tso Amramitɔwo, Izharitɔwo, Hebronitɔwo kple Uzielitɔwo dome la: Subael, Gersom ƒe dzidzimevi, ame si nye Mose ƒe viŋutsu la ƒe dɔ wònye be wòakpɔ gadzraɖoƒe la dzi. Dzidzime la tso Eliezer dzi yi ale: Eliezer dzi Rehabia, ame si dzi Yesaya, ame si dzi Yoram, Yoram dzi Zikri, ame si dzi Selomɔt. Wotia Selomɔt kple nɔviawo be woakpɔ nu siwo Fia David kple kplɔla bubuawo abe, asrafomegãwo ene, na Yehowa la dzi. Ame siawo kɔa afunyinu siwo wokpɔ to aʋawɔwɔ me la ŋu hena ŋu dɔ wɔwɔ le gbedoxɔ la me. Selomɔt kple nɔviawo kpɔa nu siwo ŋuti Nyagblɔɖila Samuel kple Saul, Kis ƒe vi kple Abner, Ner ƒe vi kple Yoab, Zeruya ƒe vi, kɔ na Yehowa kple nu siwo ame xɔŋkɔ bubuwo na Yehowa la dzi. Wotsɔ Kenania kple viawo tso Izhar ƒe viwo dome ɖo dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo. Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi. Le Hebronitɔwo gome la, Yeriae nye woƒe tatɔ le ƒomeawo ƒe dzidzimegbalẽ lawo nu. Le David ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaenelia me la, woto dzidzimegbalẽ la me eye wokpɔ be, Hebronitɔ siwo ŋu ŋutete nɔ la woe nye, Yazer le Gilead, Ƒometɔ akpe eve alafa adre (2,700) nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/27-92c0de63184130824ffdbde97954dd9f.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me. Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me. Enye Perez ƒe dzidzimevi eye wònye amegã nɔ asrafomegãwo nu le ɣleti gbãtɔ me. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt. Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ ete. Benaya sia nye ame sesẽ si nɔ Ame Blaetɔ̃awo dome kple woƒe tatɔ. Via ŋutsu Amizabad nye hatsotso la ƒe tatɔ. Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me. Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adelia me. Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me. Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enyilia me. Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Abiezer, tso Anatɔt tso Benyamin ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti asiekelia me. Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti ewolia me. Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me. Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me. Israel ƒe toawo nunɔlawo le ale: Ruben ƒe viwo Nunɔlae nye Eliezer, Zikri ƒe vi; Simeon ƒe viwo Nunɔlae nye Sefatia, Maaka ƒe vi; Levi ƒe viwo Nunɔlae nye Hasabia, Kemuel ƒe vi; Aron ƒe viwo Nunɔlae nye Zadok; Yuda ƒe viwo Nunɔlae nye Elihu, Fia David nɔvi; Isaka ƒe viwo Nunɔlae nye Omri, Mikael ƒe vi; Zebulon ƒe viwo Nunɔlae nye Ismaya, Obadia ƒe vi; Naftali ƒe viwo Nunɔlae nye Yeremot, Azriel ƒe vi; Efraim ƒe viwo Nunɔlae nye Hosea, Azazia ƒe vi; Manase ƒe viwo ƒe afã ɖeka Nunɔlae nye Yoel, Pedaya ƒe vi; Manase ƒe viwo ƒe afã evelia nɔ Gilead, wo Nunɔlae nye Ido, Zekaria ƒe vi. Benyamin ƒe viwo Nunɔlae nye Yaasiel, Abner ƒe vi; Dan ƒe viwo Nunɔlae nye Azarel, Yeroham ƒe vi. Ame siawoe nye Israel toawo ƒe amegãwo. David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene. Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o. Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi eye Yonatan, Uzia ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa kesinɔnuwo dzraɖoƒe la dzi le duwo kple kɔƒewo kple mɔwo me. Ezri, Kelub ƒe vi kpɔa ame siwo wɔa dɔ le agblewo me la dzi. Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi. Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi. Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi eye Safat, Adlai ƒe vi, kpɔa nyi siwo nɔ balimewo la dzi. Obil, Ismaeltɔ la, kpɔ kposɔwo dzi eye Yehdeia, Meronotitɔ la kpɔa tedziwo dzi. Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo. Ame siawo katãe nɔ fia David ƒe kesinɔnuwo nu. Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã. Yehiel, Hakmoni ƒe vi fia nu fia la ƒe viwo. Ahitofel nye fia la ƒe aɖaŋuɖola eye Husai, Arkitɔ la, nye fia xɔlɔ̃. Esi Ahitofel ku la, Abiata kple Yehoiada, Benaya ƒe vi, zu aɖaŋuɖolawo, eye Yoab nye fia la ƒe aʋafia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/28-1facd1be0ea84627597db9d70284b2ff.mp3?version_id=1613,"David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti. Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti. Ke Mawu gblɔ nam be, ‘Menye wòe atu xɔ na nye ŋkɔ o elabena aʋawɔlae nènye eye nèkɔ ʋu ɖi.’ “Ke Yehowa, Israel ƒe Mawu la tiam le fofonye ƒe ƒome blibo la me be, manye fia ɖe Israel dzi tegbee. Etia Yuda ƒe viwo eye wòtia fofonye ƒe ƒome tso wo dome. Nye nu nyo Yehowa ŋu eye wòna mezu fia ɖe Israel dukɔ blibo la nu. Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi. Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa. Ne egalé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi abe ale si wòlé wo me ɖe asi va se ɖe fifia ene la, mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi tegbetegbe.’ “Eya ta le Israel, Yehowa ƒe asaɖa blibo la ŋkume kple míaƒe Mawu la ƒe tome la, mele nu xlɔ̃m mi be miawɔ ɖe ɖoɖo kple se siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la de na mi la dzi be anyigba nyui sia nanye mia tɔ eye wòanye domenyinu na miaƒe viwo tso mavɔ me yi mavɔ me. “Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe. Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.” Azɔ la, David tsɔ xɔ la kple eƒe xɔxɔnuwo, nudzraɖoƒewo, xɔtamexɔwo, xɔ emetɔwo, kɔkɔeƒe la kple amenuveveteƒe la ƒe tata na ƒe via Solomo. Etsɔ nu siwo katã gbɔgbɔ la de eƒe susu me be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, xɔ siwo katã ƒo xlãe na Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo kple fia wɔnuteƒewo ƒe nudzraɖoƒe ƒe tatawo hã nɛ. Ewɔ ɖoɖo tsɔ nɛ ku ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotsowo ŋuti kple subɔsubɔdɔ siwo katã woawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple nu siwo katã ŋuti dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔ me la me. Eda sika hena sikaŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me eye wòda klosalo hã hena klosaloŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me. Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu. Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã. Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ. Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, eda sika si ŋu wokɔ wòdza la na dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la. Fia la tsɔ ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe tasiaɖamwo ŋu la hã nɛ, esi nye sika Kerubi siwo keke woƒe aʋalãwo eye wodo vɔvɔlĩ ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi. David gblɔ na Solomo be, “Yehowa ƒe asie ŋlɔ ɖoɖo siawo katã nam. Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie. Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CH/29-a7aaf80cb4a74167d537458be59a93be.mp3?version_id=1613,"Fia David trɔ ɖe ameha la gbɔ azɔ hegblɔ na wo be, “Vinye Solomo, ame si Mawu tia be wòanye Israel fia yeyea la, ɖekakpui dzaa aɖe ko wònye, mekpɔ nuteƒe o, ke dɔ si dze ŋgɔe la nye dɔ gã aɖe elabena gbedoxɔ si wòatu la menye xɔ bubu aɖe ko wòanye o. Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe xɔe! Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na xɔ la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, ‘oni’ kple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi. Azɔ esi wònye ɖe metsɔ ɖokuinye sa vɔe ɖe nye Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu ta la, metsɔ nye ŋutɔ nye kesinɔnu siwo nye sika kple klosalo kpe ɖe xɔtunu siwo medi da ɖi la ŋu hena nye Mawu la ƒe gbedoxɔ la tutu. “Mena sika nyuitɔ tso Ofir ‘tɔn’ alafa ɖeka (100) kple klosalo nyuitɔ ‘tɔn’ alafa eve blaene (240) be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae lɔ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?” Tete ƒometatɔwo, Israel ƒe towo ƒe tatɔwo, asrafo akpe ɖeka kple asrafo alafa ɖeka nunɔlawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo na nu lɔlɔ̃nutɔe. Wona nu hena dɔwɔwɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋuti. Wona sika “tɔn” alafa ɖeka blaadre (170), sika kilogram blaenyi-vɔ-ene kple klosalo “tɔn” alafa etɔ̃ blaene-vɔ-atɔ̃ (345) kple akɔbli “tɔn” alafa ade kple ewo (610) kple gayibɔ “tɔn” akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450). Wogatsɔ kpe xɔasi sɔ gbɔ aɖe na Yehiel, Gerson ƒe dzidzimevi aɖe be, wòatsɔ ade gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe. Ame sia ame kpɔ dzidzɔ le lɔlɔ̃nununanakpekpeɖeŋunana ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Fia David ŋutɔ hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena, “Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, woakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, dziɖuɖu kple gãnyenye. Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te. Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona; wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula. Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame. Oo, mía Mawu, míeda akpe na wò eye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la. “Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò! Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna. Oo, Yehowa, míaƒe Mawu, nu siwo katã míeƒo ƒu da ɖi be míatsɔ atu gbedoxɔ na wò ŋkɔ kɔkɔe la, tso wò ŋutɔ gbɔwò! Tɔwòe wo katã nye! Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ wò amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ. Oo, Yehowa, mía fofowo, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu! Na wòanye wò amewo ƒe didi be yewoaɖo to wò ɣe sia ɣi eye nàkpɔ egbɔ be woƒe lɔlɔ̃ na wò metrɔ gbeɖe o. Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.” Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, “Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la” eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume. Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka (1,000), agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu. Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ gã aɖe. Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami nɛ le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene. Ale Mawu na Fia Solomo xɔ fofoa, David ƒe fiazikpui. Nu dze edzi nɛ ŋutɔ eye Israel blibo la ɖo toe. Dukɔ la kplɔlawo, asrafomegãwo kple nɔviawo katã ka atam be yewoanɔ fia la yome. Yehowa na Israelviwo katã lɔ̃e, kesinɔnu geɖewo nɔ esi eye bubu nɔ eŋu wu fofoa. David, Yese ƒe viŋutsu, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem. Etsi ŋutɔ, enye kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe hafi ku eye via Solomo ɖu fia ɖe eteƒe. Woŋlɔ Fia David ƒe ŋutinya tsitotsito ɖe Nyagblɔɖila Samuel ƒe agbalẽ me, ɖe ŋutinya si Nyagblɔɖila Natan ŋlɔ la me kple esi Nyagblɔɖila Gad ŋlɔ la me. Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso Fia David ƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ, nu siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi, Israel dukɔ la dzi kple dukɔ siwo ƒo xlã Israel dukɔ ƒe fiawo dzi la ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TI/1-919af9039462dfe1e76a9f70e0030947.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔe agbalẽ sia tso, Na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a. Mawu, Fofo la kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò. Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo wɔ ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zã kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me. Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ, elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi. Menya ale si xɔse alakpamanɔme si le mewò abe dawò Enuike kple mamawò Lois ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene. Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me, elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi. Ne àde dzo ŋusẽ si le mewò me la, màvɔ̃ ɣe aɖeke ɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Ànɔ klalo be yeakpe fu kplim le nyanyui la ta, elabena Mawu ana ŋusẽ wò le fukpekpe me. Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi. Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to nyanyui la me. Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala. Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava. Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na wò la ŋu. Lé be na ŋutete si Mawu na nèxɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie. Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi. Aƒetɔ la nayra Onesiforo kple eƒe aƒe blibo la, elabena eva kpɔam ɖa, eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene, eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o. Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi, eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba. Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛ le Kristo ƒe vavagbe la. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na wò." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TI/2-ad51fff9142d429ee8f3637c48c0d649.mp3?version_id=1613,"Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me, elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo. Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene, eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o. Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekela léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu, eye meɖua dzi o ene. Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme. Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la, si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o. Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu. Esia nye nyateƒenya be, “Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplii; Ne míekpe fu kplii la, míaɖu dzi hã kpakplii; Ne míegbe nu le egbɔ la, Eya hã agbe nu le mía gbɔ. Ne míenye nuteƒemawɔlawo o hã la, eya anɔ anyi nuteƒewɔlae, elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.” Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo, eye nàgbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o, eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã. Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia. Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o. Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta. Woɖe asi le nyateƒe la ŋu, eye wokaa aʋatso, ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ. Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.” Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋu dɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la, eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene. Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò. Megale egblɔm na wò be mègade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame, eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o. Mele be Mawu ƒe subɔlawo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu, eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo. Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase. Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TI/3-750f13f32825b0558df5d53d5511ac9f.mp3?version_id=1613,"Wò ŋku nenɔ esia dzi be ɣeyiɣi vɔ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me. Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo, amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu vɔ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui, amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu, ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ. Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adzame, eye wowɔa xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu vɔ̃ xɔ aƒe ɖo la, eye wofiaa woƒe xɔse yeye la wo. Nyɔnu siawo tɔgbi dzea nufiala yeyewo yome ɣe sia ɣi, ke womesea nyateƒe la gɔme ɣe aɖeke ɣi o. Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me, eye wotsi tsitre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu. Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu vɔ̃ ene. Ke ènya to ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ wò kple nye dzidodo ŋu. Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me. Ɛ̃, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me me la akpe fu le ame siwo lé fui la ƒe asi me. Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ hã ene. Ke ele na wò be nàlé nu siwo wofia wò la dzixɔse me ɖe asi. Ènya be nu siawo nye nyateƒe, elabena ènya be yeate ŋu axɔ mí ame siwo fia nu siawo wò la dzi ase. Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me. Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi, eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo, eye wòdze. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TI/4-3adab3ed09467533287381a307253a0a.mp3?version_id=1613,"Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la ŋkume be nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi. Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim. Womaɖo to nu si nyateƒe la le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe. Nɔ te sesĩe, eye mègavɔ̃ fukpekpe le Aƒetɔ la ta o. Kplɔ ame bubuwo vɛ na Kristo. Mègagbe nu sia nu si hiã be nàwɔ la wɔwɔ o. Elabena nye la, wole trɔyem ƒo ɖi xoxo abe nunovɔsa ene, eye nye ɣeyiɣi de na dzodzo. Meʋli ʋiʋli nyui la, mewu duɖimekeke la nu, eye melé xɔse la me ɖe asi. Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam, esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòana o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava. Do vevi be nàva gbɔnye kaba, elabena Dema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika, elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi Dalmatia. Luka koe li kplim. Di Marko, eye nàkplɔe ɖe asi vɛ, elabena ekpena ɖe ŋunye le nye subɔsubɔdɔwɔwɔ me. Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso. Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa la vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã, vevietɔ lãgbalẽtɔwo. Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nu vevi geɖem. Aƒetɔ la ahe to nɛ. Ke kpɔ nyuie le eŋu, elabena etsi tsitre ɖe nu sia nu si míegblɔ la ŋu. Zi gbãtɔ si wohem yi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume la, ame aɖeke menɔ afi sia akpe ɖe ŋunye o, ame sia ame si dzo. Mele mɔ kpɔm be womabu fɔ wo ɖe nu sia ta o. Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye, eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexea me katã. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o. Ɛ̃, Aƒetɔ la aɖem ɣe sia ɣi tso vɔ̃wo katã me, eye wòakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. Do gbe na Priskila kple Akwila kple ame siwo le Onesiforo ƒe aƒe me la nam. Erasto le Korinto, eye megblẽ Trofimo, ame si dze dɔ la ɖe Mileto. Dze agbagba nàva ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple nɔvi bubuawo katã do gbe na wò. Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/1-ef3cca63876e4a51e96e7269e3f12b28.mp3?version_id=1613,"Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi. Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do. Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ. Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ. Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme. Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia. Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema. Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo. Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia. Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo, eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba, aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu. Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia. Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.” Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia. Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo. Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.” Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me. Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.” Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene. Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema. Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/2-d116e9270a537f2d3464cfb2678a19ed.mp3?version_id=1613,"Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu. Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me. Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le. Esiawoe nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo, le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu wɔ anyigba kple dziƒo. Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o. Gake tsi dzi tso anyigba ƒe tume le teƒe aɖewo, eye wòtsa le anyigba la dzi. Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe. Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me. Yehowa Mawu do ati siwo nya kpɔna la ƒomeviwo katã ɖe abɔ la me. Ati siawo tsea ku viviwo. Agbeti kple ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina. Tɔsisi aɖe tso Eden ƒe anyigba dzi tsa to abɔ la me hede tsii. Tɔsisi la ma ɖe alɔdze ene me. Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Etsa to Havilanyigba blibo la dzi, afi si sika le. (Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.) Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gihon. Etsa to Kus ƒe anyigba blibo la dzi. Alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Tigris. Etsa to Asiria ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Alɔdze eneliae nye Frat tɔsisi la. Yehowa Mawu tsɔ ame la da ɖe Edenbɔ la me abe abɔdzikpɔla ene. Yehowa Mawu de se na ame la be, “Èkpɔ mɔ aɖu ati sia ati le abɔ sia me, gake mèkpɔ mɔ aɖu ati si nana wodzea si nyui kple vɔ̃ ya o, elabena ne èɖui la, ku kee nàku.” Yehowa Mawu gblɔ be, “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi wɔ gbemelãwo katã kple dziƒoxeviwo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeanya ŋkɔ si wòana ɖe sia ɖe, eye ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la zu ŋkɔ nɛ. Ale ame la na ŋkɔ nu gbagbeawo, aƒemelãwo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo katã. Ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ o. Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ. Tete ame la do dzidzɔɣli be, “Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lãme. Woayɔe be ‘nyɔnu’, elabena ŋutsu me woɖee tsoe.” Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka. Togbɔ be Adam kple srɔ̃a nɔ amama hã la, ŋu mekpea wo dometɔ aɖeke o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/3-c8ddfbc7c867ebd636613075642b78fa.mp3?version_id=1613,"Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?” Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse, gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’ ” Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o! Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.” Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu. Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali. Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome. Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?” Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.” Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?” Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.” Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.” Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la, “Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome! Wò ƒodo dzi nàzɔ eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu le wò agbemeŋkekewo katã me. Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.” Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò. “Le wò agbemeŋkekewo katã me la, àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me. Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò, eye nàɖu woƒe gbewo. Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.” Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.” Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi. Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/4-6843fbd97d32b7de18803d3ba7e63c9c.mp3?version_id=1613,"Adam dɔ kple srɔ̃a, Eva, eye wòfɔ fu dzi Kain. Eva gblɔ be, “To Yehowa ƒe amenuveve me la, medzi ŋutsu.” Eva gadzi ŋutsuvi bubu, eye wòna ŋkɔe be Abel. Abel nye lãnyila, eye Kain nye agbledela. Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa, eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa, gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã. Yehowa bia Kain be, “Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo? Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!” Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel. Emegbe la, Yehowa bia Kain be, “Afi ka nɔviwò, Abel le?” Kain ɖo eŋu be, “Nyemenya o. Nɔvinyeŋudzɔlae menyea?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia. Ke fifia fiƒode le dziwò, eye menya wò ɖa tso anyigba si nèdo gui kple nɔviwò ƒe ʋu la dzi. Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.” Kain ɖo eŋu na Yehowa be, “Nye tohehe kpe wu tsɔtsɔ nam, elabena ènyam ɖa tso nye agble kple wò ŋutɔ gbɔ, èwɔm tsaglãlatsala kple godzela, eye ame sia ame si akpɔm la, adi be yeawum.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Womawu wò o, elabena mada wò tohehe teƒe adre ɖe ame si awu wò la dzi.” Ale Yehowa de dzesi tɔxɛ Kain ŋu si ana be ame aɖeke mawui o. Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi. Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk. Enɔk nye Irad fofo, Irad nye Mehuyael fofo, Mehuyael nye Metusael fofo, Metusael nye Lamek fofo. Lamek ɖe srɔ̃ eve, Ada kple Zila. Ada dzi Yabal. Eyae zu nyikplɔla kple ame siwo nɔa avɔgbadɔwo me la dometɔ gbãtɔ. Nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Yubal, eye wònye ame gbãtɔ si wɔ kasaŋku kple dze. Lamek srɔ̃ evelia, Zila dzi Tubal Kain. Eyae zu gbede gbãtɔ, eye wòtua nuwo kple akɔbli kple gayibɔ. Tubal Kain nɔvinyɔnue nye Naama. Gbe ɖeka la, Lamek gblɔ na Ada kple Zila be, “Srɔ̃nyewo, miɖo tom. Mewu ame aɖe si de abi ŋunye, ɖekakpui aɖe si wɔ nuvevim. Ne woahe to na ame si awu Kain zi adre la, ekema ele be woahe to na Lamek zi blaadre-vɔ-adre!” Emegbe la, Adam kple srɔ̃a nɔ anyi eye Eva gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Set si gɔmee nye “Teƒeɖoɖo,” elabena Eva gblɔ be, “Mawu tsɔ ŋutsuvi bubu ɖo Abel, ame si Kain wu la teƒe nam.” Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/5-b2eba91724c6f1b28e52d3b5279dcc3b.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkuɖodzigbalẽ. Esi Mawu wɔ amegbetɔ la ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo. Eyɔ wo tso gɔmedzedzea be “Ame.” Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me. Le Set dzidzi megbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Egadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku. Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ (105) hafi dzi Enos. Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre (807), eye wògadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple wuieve (912) hafi ku. Esime Enos xɔ ƒe blaasiekɛ la, ezu fofo na Kenan, eye esi wòdzi Kenan megbe la, Enos ganɔ agbe ƒe alafa enyi wuiatɔ̃ (815), eye wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi bubuwo nɛ. Enos ƒe agbenɔƒewo katã nye ƒe alafa asiekɛ kple atɔ̃ (905), eye wòku. Kenan xɔ ƒe blaadre hafi dzi Via ŋutsuvi Mahalalel. Kenan ganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaene (840) le Mahalalel kple Kenan dzidzi vɔ megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo bubuwo hã emegbe. Kenan ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ kple ewo (910). Mahalalel xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Via ŋutsuvi Yared. Esi Mahalalel dzi Yared megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃ (830). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, eye wòku esi wòxɔ ƒe alafa enyi blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (895). Yared xɔ ƒe alafa ɖeka blaade-vɔ-eve (162) esi wòdzi Via ŋutsuvi Enɔk. Eganɔ agbe ƒe alafa enyi (800). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Yared ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-eve (962). Enɔk xɔ ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ esi wòdzi Metusela. Eganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ (300), eye wòzɔ nyuie kple Mawu. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Enɔk xɔ ƒe alafa etɔ̃ blaade-vɔ- atɔ̃ (365), eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe. Metusela xɔ ƒe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-adre (187) hafi dzi Via ŋutsuvi Lamek. Eganɔ agbe ƒe alafa adre blaenyi-vɔ-eve (782). Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Metusela ku esi wòxɔ ƒe alafa asiekɛ blaade-vɔ-asiekɛ (969). Lamek xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-eve (182) hafi wòdzi Via ŋutsuvi Noa. Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.” Lamek ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (595) le Noa dzidzi megbe. Edzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Lamek ku esi wòxɔ ƒe alafa adre blaadre-vɔ-adre (777). Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wòdzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Ham kple Yafet." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/6-2755dae952609e1ee7abc8347bfa69ea.mp3?version_id=1613,"Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la. Tete Yehowa gblɔ be, “Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve.” Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ. Tete Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo.” Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu. Noa ƒe ŋutinya yi ale: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu. Ŋutsuvi etɔ̃ nɔ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet. Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ. Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi. Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi. “Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃. “Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo. Nàtsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, atsu kple asi ade aɖakaʋu la me be woanɔ agbe le gbɔwò. Xevi ƒomevi ɖe sia ɖe, eveve, lã ƒomevi ɖe sia ɖe eveve kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana la eveve ava gbɔwò be nàde wo aɖakaʋu la me. Dzra nuɖuɖu si woawo kple miawo siaa miahiã la ɖo ɖe aɖakaʋu la me.” Eye Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe nɛ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/7-387cb22ebbbcf7a35463f0254de476ac.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Noa be, “Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume. “Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi, eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe. Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.” Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la. Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la. Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu. Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene. Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi. Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple zã blaene. Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo. Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo. Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me. Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu. Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi. Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi. Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te, eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã. Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃. Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃. Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe. Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/8-06380c2c9457e02e5d7de653efef85a8.mp3?version_id=1613,"Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me, elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke. Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame. Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe, esime tsiɖɔɖɔ la ganɔ miemiem ɖe edzi kokoko la, to bubuwo hã tame de asi dzedze me. Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka, eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu. Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã. Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me. Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu. Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ. Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o. Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ. Kɔsiɖa enyi gava yi. Anyigba ƒu azɔ mlɔeba. Tete Mawu gblɔ na Noa be, “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me. Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo. Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame. Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo. Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã. Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/9-ce32aa71118dc5c016e317df4f65f649.mp3?version_id=1613,"Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.” Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi. Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia. “Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu. “Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la, ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi, elabena Mawu ƒe nɔnɔme me Mawu wɔe ɖo. Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.” Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be, “Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o. Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu: Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu. Ne mena lilikpowo tsyɔ anyigba dzi la, woakpɔ anyieʋɔ le lilikpoawo me, ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o. Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.” Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.” Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.) Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me. Noa, ame si nye agbledela la de waingble. Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me. Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo. Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo. Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la, egblɔ be, “Woaƒo fi ade Kanaan; ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.” Eyi edzi be, “Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu. Kanaan nazu kluvi na Sem. Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi. Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me, eye Kanaan nanye eƒe kluvi.” Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ (350) le tsiɖɔɖɔ megbe. Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ (950) hafi ku." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/10-5b688198252ed5d8f7994c1a0aa16d06.mp3?version_id=1613,"Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale: Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras. Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo. (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.) Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan. Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan. Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.” Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã. Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la. Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo. Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. (Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.) Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si. Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber. Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram. Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas. Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber. Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, Hadoram, Uzal, Dikla, Obal, Abimael, Seba, Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo. (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.) Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu. Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/11-588ccf968af5a3ca26533f76c8684e90.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi me la, amegbetɔƒome blibo la doa gbe ɖeka ko. Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ ɖe edzi me la, woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo, eye woke ɖe anyigba aɖe si sɔ la ŋu le Sinar. Eteƒe medidi kura hafi amewo sɔ gbɔ ɖe afi sia o. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Miva, mina míame anyikpewo, míaƒo dzo wo nyuie.” Wowɔ anyikpe ŋu dɔ ɖe kpe ŋutɔ teƒe kple aŋɔ yibɔ ɖe anyi teƒe. Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.” Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la, egblɔ be, “Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o. Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!” Ale Yehowa ka wo katã hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Ale du la tsotso nu tso. Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi. Esiae nye Sem ƒe ŋutinya. eve le tsiɖɔɖɔ megbe, esime Sem xɔ ƒe alafa ɖeka la, edzi Arfaxad. Esi wòdzi Arfaxad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ (500), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Arfaxad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Sela. Eye esi wòdzi Sela megbe la, Arfaxad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Sela xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber, eye esi wòdzi Eber megbe la, Sela ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃ (403), eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-ene la, edzi Peleg. Esi wòdzi Peleg la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Reu. Eye esi wòdzi Reu la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asiekɛ (209), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Reu xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve la, edzi Serug. Eye esi wòdzi Serug la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre (207), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Nahor. Eye esi wòdzi Nahor megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve (200), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Nahor xɔ ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ la, edzi Tera. Eye esi wòdzi Tera la, Nahor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasiekɛ (119), eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo. Esi Tera xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Nahor kple Haran. Tera ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si. Tera dzi Abram, Nahor kple Haran; eye Haran dzi Lot. Ke Haran ku kaba le anyigba si dzi wodzii ɖo la dzi si nye Ur le Kaldea le esime fofoa Tera ganɔ agbe ko. Abram ɖe fofoa ƒe vi Sarai le esime nɔvia Nahor ɖe Haran si ku la ƒe vi, Milka. Nɔviŋutsu si nɔ Milka sie nye Yiska. Ke Sarai medzi vi aɖeke o. Tera kplɔ via Abram, eƒe tɔgbuiyɔvi Lot, ame si nye Haran ƒe vi la kple via Abram srɔ̃, Sarai, eye wodzo le Ur le Kaldea be yewoayi Kanaanyigba dzi. Ke wotɔ, eye wotso kɔƒe ɖe Haran. Tera ku le Haran esi wòxɔ ƒe alafa eve kple atɔ̃ (205)." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/12-1437ed3784a84784bfc2750c628e8aae.mp3?version_id=1613,"Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi, eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi. Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo. Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ. Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo. Mayra ame siwo ayra wò la, eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la. Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.” Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan. Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi. Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi. Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb. Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte. Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ. Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!” Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu. Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me. Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta. Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesẽ aɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta. Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo? Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!” Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/13-41a52627c6009784b73a678e33c2fa3a.mp3?version_id=1613,"Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kpakple Lot kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo si la ŋu, eye wozɔ mɔ to Egipte ƒe dzigbeme yi Negeb. Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu. Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ kple afi si wòɖi vɔsamlekpui ɖo kpɔ la. Afi ma Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le. Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi. Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la. Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi. Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ. Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.” Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte. Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ. Abram tsi Kanaanyigba la dzi esime Lot nɔ du gã siwo nɔ gbadzaƒe la dome; etso nɔƒe ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sodom ŋu la. Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu. Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò, elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o! Ɖi tsa le anyigba yeye si mele nawòm la ƒe afi sia afi, eye nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu.” Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/14-f60f9bb8d25362ea9d66f617f1401cd5.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, aʋa dzɔ le anyigba la dzi. Amrafel, Sinar fia, Ariok, Elasar fia, Kedolaoma, Elam fia kple Tidal, Goyim fia, ho aʋa ɖe Bera, Sodom fia, Birsa, Gomora fia, Sinab, Adma fia, Semeber, Zeboyim fia kple Bela fia (si woyɔna be Zoar la) ŋu. Fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Seboyim kple Bela la na woƒe aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sidom balime si nye (Dzeƒu la ƒe balime.) Wonye Fia Kedolaoma teviwo ƒe wuieve sɔŋ, ke wotso ɖe fia sia ŋu le ƒe wuietɔ̃lia me. Le ƒe wuienelia me la, Kedolaoma kple fia siwo kpe ɖe eŋu la yi ɖasi Refaimtɔwo le Asterot, Karnaimtɔwo kple Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Save Kiriataim kple Horitɔwo le Seir ƒe tonyigba dzi heyi keke El Paran, afi si te ɖe gbegbe la ŋu. Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi. Tete fia siwo tso Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela (si nye Zoar) la yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Sidim Balime, ɖe Kedolaoma, Elam fia, Tidal, Goyim fia, Amrafel, Sinar fia kple Ariok, Elasar fia ŋu. Fia ene kpe aʋa kple fia atɔ̃. Ke aŋɔʋe geɖewo nɔ teƒe ma, eye esi Sodom kple Gomora fiawo si yina la, wo dometɔ aɖewo ge dze aŋɔʋeawo me. Ame mamlɛawo si yi toawo dzi. Dziɖulawo ha Sodom kple Gomora ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã heɖo ta aƒe kpli wo. Wolé Lot, ame si nye Abram ƒe tɔgãyɔvi si nɔ Sodom la, eye wokplɔe dzoe kple eƒe kesinɔnuwo katã. Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi. Esi Abram se be woɖe aboyo Lot la, eƒo ƒu ame alafa etɔ̃ kple wuienyi (318) siwo nye aʋawɔlawo la tso eƒe aƒe me, eye wòkplɔ aʋakɔ la ɖo va se ɖe Dan. Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo. Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si. Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee, eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ, eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram, eye woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.” Tete Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ. Sodom fia gblɔ na Abram be, “Ɖe asi le nye ame siwo nèlé la ko ŋu nam, eye nàtsɔ kesinɔnu siwo nèha tso nye du me la faa.” Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la be nyemaxɔ ɖetika ɖeka gɔ̃ hã le asiwò o, ne menye nenema o la, àva gblɔ be, ‘Abram zu kesinɔtɔ le nu si menae la ta.’ Nu si maxɔ koe anye nu si ɖekakpui siawo ɖu. Ke tsɔ kesinɔnuawo ƒe akpa aɖe na Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo kpe ɖe ŋunye le aʋa la wɔwɔ me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/15-554f83eae45c69b613339a891be6a631.mp3?version_id=1613,"Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Abram, elabena nyee nye wò akpoxɔnu, maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.” Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?” Eye Abram gblɔ be, “Mèna vi aɖekem o, eya ta nye subɔlae anyi nye dome.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.” Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!” Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ. Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.” Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?” Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.” Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o. Esi akagawo va lãawo ɖu ge la, Abram nya wo. Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe. Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ. Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo. Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe. Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.” Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom. Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo. Metsɔ dukɔ siawo hã na wò: Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/16-a51953fc05c35f0deb3b35636ff1162a.mp3?version_id=1613,"Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar. Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi. Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a. Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o. Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.” Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo. Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi. Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.” Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ, elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò. Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa. Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.” Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.” Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome. Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael. Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/17-d3a68f9a25129448e093ff0fc2f8fa19.mp3?version_id=1613,"Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene. Maɖo kpe nubabla si le nye kpli wò dome la dzi, eye miadzi ɖe edzi fũu.” Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gblɔ nɛ be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wò: ànye dukɔ geɖewo fofo.” Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. Mana dzidzimevi akpe akpewo wò, eye woazu dukɔ geɖewo! Fiawo anɔ wò dzidzimeviwo dome! “Mana nye nubabla nazu nubabla mavɔ le nye kpli wò kple wò dzidzimeviwo dome hena dzidzime siwo gbɔna la, be manye wò Mawu kple Mawu na wò dzidzimeviwo. Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.” Eye Mawu gblɔ na Abraham be, “Ele na wò be nàlé nye nubabla me ɖe asi, wò kple wò dzidzimeviwo le dzidzime siwo ava la me. Esia nye nye nubabla kpli wò kple wò dzidzimeviwo, nubabla si mialé be na le mia dome lae nye be: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome. Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa. Esia anye dzesi be wò kple wò dzidzimeviwo siaa miexɔ nubabla sia. Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã. Ele be woatso aʋa na ame sia ame. Ele be woato mɔ sia nu ade dzesi miaƒe ŋutilã be mianye gomekpɔlawo le nye nubabla mavɔ la me. Woaɖe ame sia ame si metso aʋa o la ɖa le eƒe ƒometɔwo dome, elabena mewɔ nye nubabla la dzi o.” Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be, “Womagayɔ srɔ̃wò be Sarai o, ke boŋ woayɔe azɔ be, ‘Sara’ si gɔmee nye ‘Fiavinyɔnu.’ Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò! Ɛ̃, makɔ yayra geɖe ɖe edzi, eye mana wòazu dukɔ geɖewo dada! Fia geɖewo anɔ miaƒe dzidzimeviwo dome.” Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?” Abraham gblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, yra Ismael nam ko!” Mawu ɖo eŋu be, “Ao, menye nenemae megblɔ o. Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye miana ŋkɔe be, Isak si gɔmee nye ‘Nukoko.’ Mabla nu kple eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Melɔ̃ be mayra Ismael hã abe ale si nèbiae ene. Mana wòadzi asɔ gbɔ, eye wòazu dukɔ gã aɖe. Fiavi ŋutsuvi wuieve anɔ eƒe dzidzimeviwo dome. Ke nye nubabla le nye kple Isak dome, ame si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna la ƒe ɣe aleawo ɣi.” Ale Abraham kple Mawu ƒe dzeɖoɖo wu enu, eye Mawu dzo. Gbe ma gbe ke la, Abraham tso aʋa na via, Ismael kple ŋutsuvi bubu ɖe sia ɖe si wodzi ɖe eƒe aƒe me alo ƒle kple ga va eƒe aƒe me abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. Le ɣe ma ɣi me la, Abraham xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ hafi wotso aʋa nɛ, eye Via ŋutsuvi, Ismael, xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ. Wotso aʋa na Abraham kple Via ŋutsuvi, Ismael, le ŋkeke ɖeka ma dzi. Eye wotso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le Abraham ƒe aƒe me, ame si wodzi le eƒe aƒe me kple kluvi si woƒle le amedzro aɖe si siaa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/18-65f1c6c3ed99a6923270d0b2c2d12d7c.mp3?version_id=1613,"Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu. Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o. Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te, eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.” Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!” Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake. Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum. Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.” Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo. Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?” Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’ Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.” Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.” Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa. Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.” Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi. Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ.” Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume. Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua? Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.” Abraham gagblɔ be, “Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko. Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.” Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o.” Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.” Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.” Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.” Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/19-e0f982e77f411ad206f70b80a1eb23fe.mp3?version_id=1613,"Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.” Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ, eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la, eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.” Lot tu ʋɔ ɖe amedzroawo nu, eye wòyi wo gbɔ ɖaɖe kuku na wo be, “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa sia tɔgbi o. Mikpɔ ɖa, ɖetugbi eve siwo menya ŋutsu haɖe o la le asinye. Maɖe asi le wo ŋu na mi be miawɔ nu sia nu si adze mia ŋu la kpli wo. Ke migawɔ naneke amedzro siawo ya o, elabena nye dzikpɔkpɔ te wole.” Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me. Ke mawudɔla eveawo ʋu ʋɔa, do asi ɖa, he Lot va xɔa me, tu ʋɔa, eye wona Sodomtɔwo ƒe ŋkuwo dzi tsyɔ sẽe, ale be womegate ŋu kpɔ ʋɔtru la o. Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me, elabena míele du sia tsrɔ̃ ge keŋkeŋ. Nutsotso tso teƒe sia ŋu va ɖo dziƒo, eya ta Yehowa ɖo mí ɖa be míatsrɔ̃e.” Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene. Le fɔŋli la, mawudɔlawo gblɔ na Lot be, “Netsɔ na wò, nàkplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi eve siwo le afi sia la, eye miasi adzo, ne menye nenema o la, miatsrɔ̃ le du sia tsɔtsrɔ̃ me.” Esi Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlawo lé eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo ƒe alɔnu, eye wohe wo yi dua godo, afi si woanɔ dedie le, elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.” Lot gblɔ na wo be, “O, nye Aƒetɔwo, meɖe kuku na mi. Esi mieve nunye alea, eye mieɖe nye agbe ta la, mina masi ayi du sue kemɛ ɖa me boŋ, elabena mele vɔvɔ̃m be dzɔgbevɔ̃e aɖe ava ɖi kpem le toawo dzi. Kpɔ ɖa, du la medidi tso afi sia kura o, eye du sue aɖe koe. Meɖe kuku mina mayi afi ma boŋ. Miekpɔ ale si wònye du sue aɖe oa? Matsi agbe le afi ma.” Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Enyo, mexɔ wò nya la, eye nyematsrɔ̃ du sue ma o. Gake miɖe abla! Elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime miaɖo afi ma.” (Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa du sue ma be Zoar ɖe ƒe suẽnyenye ta.) Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar. Tete Yehowa na dzo kple aŋɔ xɔdzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi, gblẽ wo kple du gã kple du sue siwo nɔ gbadzaƒe la, eye amewo, atiwo kple lãwo siaa tsrɔ̃ keŋkeŋ. Ke Lot srɔ̃ nye kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ. Gbe ma gbe ŋdi la, Abraham fɔ kaba, eye wòɖe abla yi teƒe si wòtsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ŋkume le la. Ekpɔ Sodom kple Gomora lɔƒo ɖa, eye wòkpɔ be dzudzɔ nɔ tutum kɔlikɔli tso afi ma abe kpodzo gã aɖe me wònɔ dodom tso ene. Ale Mawu se Abraham ƒe kukuɖeɖe, ena Lot nɔ dedie, eye wòɖee tso ku kple tsɔtsrɔ̃ siwo ƒo xlã Sodom, Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la me. Emegbe la, Lot dzo le Zoar, elabena enɔ afi ma tɔwo vɔ̃m, eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le toawo dzi kple via nyɔnuvi eveawo. Gbe ɖeka la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Ŋutsu aɖeke kura mele anyigba sia ƒe akpa sia lɔƒo si mía fofo alɔ̃ be míaɖe o. Kpe ɖe esia ŋu la, esusɔ vie mía fofo natsi akpa na vidzidzi. Na míana mía fofo nano wain amu, eye wòadɔ mía gbɔ, ale be míate ŋu adzi vi, eye míaƒe dzidzime nu matso o.” Ale wona wain wo fofo wòno hemu. Nyɔnuvi tsitsitɔ yi ɖamlɔ fofoa gbɔ, eye fofoa dɔ kplii, gake fofoa menya o. Le ŋdi me la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Medɔ fofonye gbɔ le zã si va yi la me. Na míagana ahae wòagano amu, eye wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ, ale be míaƒe ƒome la nadzi ɖe edzi.” Ale wona wo fofo gamu aha gbe ma gbe fiẽ hã, eye nyɔnuvi suetɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ. Fofoa dɔ eya hã gbɔ, ke fofoa menya o. Ale nɔvi eveawo fɔ fu na wo fofo Lot. Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui. Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/20-e31a19bc96f3bdd073a784018d12b70b.mp3?version_id=1613,"Azɔ Abraham ʋu tso Negeb yi dziehe lɔƒo, eye wòyi ɖanɔ Kades kple Sur dome. Gbe ɖeka esi wòɖi tsa yi Gerar du me la, egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara! Gerar fia Abimelek na wokplɔ Sara vɛ nɛ le eƒe fiasã me. Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.” Ke Abimelek medɔ Sara gbɔ haɖe o, eya ta wògblɔ be, “Aƒetɔ, ɖe nàwu ame dzɔdzɔea? Abraham gblɔ nam be, ‘Nɔvinye nyɔnue,’ eye nyɔnu la hã gblɔ nam be, ‘Ɛ̃, nɔvinye ŋutsue.’ Nyemedi kura be mawɔ nu vɔ̃ o.” Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo. Gbugbɔe ɖo ɖe srɔ̃a kaba! Srɔ̃a ado gbe ɖa ɖe tawò, elabena nyagblɔɖilae, ekema ànɔ agbe. Ke ne mèɖoe ɖe srɔ̃a o la, ekema nyae be mi kple aƒewòmetɔwo katã miaku.” Fia Abimelek fɔ ŋdi kanya, yɔ eŋume veviwo katã ƒo ƒui, eye wòka nya la ta na wo. Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le ƒuƒoƒea. Abimelek yɔ Abraham, eye wògblɔ be “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Aleke gbegbe meda voe ɖe ŋuwò be nèna fɔɖiɖi gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Èwɔ nu si womewɔna o la ɖe ŋunye.” Eye Abimelek bia Abraham be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?” Abraham ɖo eŋu be, “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Eme kɔ ƒãa be Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele afi sia o, eye woawum ɖe srɔ̃nye ta.’ Kpe ɖe esia ŋu la, nɔvinye nyɔnu tututue, fofonye vie, ke menye danye vie o, eye wònye srɔ̃nye hã. Esi Mawu ɖo nam be maʋu le mía de la, megblɔ na srɔ̃nye be, ‘Afi sia afi si míaɖo la, ve nunye nàgblɔ be nɔvinye nyɔnue yenye.’ ” Fia Abimelek tsɔ alẽwo, nyiwo kple dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo na Abraham, eye wògbugbɔ srɔ̃a, Sara, nɛ. Fia Abimelek gblɔ na Abraham be, “Lé ŋku ɖe nye fiaɖuƒe la ŋu, eye nàtia afi sia afi si nàdi be yeanɔ la.” Emegbe la, etrɔ ɖe Sara ŋu gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, metsɔ klosalo akpe ɖeka na ‘nɔviwò ŋutsua’ be makpatae, eye maɖe ŋukpe ɖa le mo na wò le gbɔwòviwo katã ŋkume. Fifia dzɔdzɔenyenye va aƒe.” Abraham do gbe ɖa be Mawu nayɔ dɔ Abimelek srɔ̃ kple eƒe dɔlanyɔnuwo ale be woate ŋu adzi vi azɔ, elabena Yehowa xe woƒe vidzidɔwo be yeahe to na Abimelek ɖe ale si wòxɔ Abraham srɔ̃ Sara la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/21-5d4b2612da7eba290000d163b8564cc2.mp3?version_id=1613,"Azɔ Yehowa ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi na Sara. Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi. Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.” Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ. Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim. Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!” Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi. Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la, egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.” Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã. Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso. Ke mana nyɔnu kosivi ƒe vi la hã ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe, elabena viwò eya hã nye.” Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o. Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe. Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la. Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.” Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno. Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala. Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte. Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me. Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene.” Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!” Abraham na nutsotso fia Abimelek tso ale si fia la ƒe subɔlawo xɔ vudo aɖe le eƒe subɔlawo si sesẽtɔe la ŋuti. Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?” Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Fia Abimelek abe vɔsa ene hetsɔ ɖo kpe woƒe nubabla la dzi. Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga, eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?” Abraham ɖo eŋu be, “Esiae nye nye nunana na wò be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia.” Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le. Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe. Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me. Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/22-a3cac8cf0083e3e0fccd2dec5897b570.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.” Tete Mawu gblɔ be, “Kplɔ viwò ŋutsuvi ɖekɛ la, Isak, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, ne miayi Moria nuto me. Tsɔe sa numevɔe le afi ma le toawo dometɔ ɖeka si mafia wò la dzi.” Le fɔŋli la, Abraham dze nake hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Edo agba na eƒe tedzi, eye wòkplɔ via Isak kple ɖekakpui eve siwo nye eƒe subɔlawo la ɖe asi heɖo ta teƒe si Mawu gblɔ nɛ be wòayi la. Le ŋkeke ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, Abraham kpɔ teƒe la le adzɔge ʋĩi. Egblɔ na ɖekakpuiawo be, “Minɔ afi sia kple tedzi la; nye kple Isak míayi ŋgɔ vie aɖado gbe ɖa. Míatrɔ agbɔ fifi laa.” Abraham tsɔ vɔsanake la ɖo ta na Isak, eye eya ŋutɔ tsɔ hɛ la kple dzosinu ɖe asi. Ale wo ame eveawo dze mɔ. Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?” Abraham ɖo eŋu be, “Vinye, Mawu akpɔ ema gbɔ na mí hena vɔsa la.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Esi woɖo teƒe si Mawu fia Abraham be wòayi la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nakeawo ɖe edzi nyuie. Ebla Isak, eye wòkɔe mlɔ nakeawo dzi. Abraham tsɔ eƒe hɛ be yeawu Isak. Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.” Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ hɛ la de aku me; mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o, elabena menya be Mawu xɔ teƒe gbãtɔ le wò agbenɔnɔ me; mèhe viwò lɔlɔ̃a gɔ̃ hã ɖe megbe tso gbɔnye o.” Enumake Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo avekawo bla la le avekɔe aɖe me. Ale wòlé agbo la, eye wòtsɔe sa vɔe ɖe ɖevi la teƒe abe numevɔsa ene le vɔsamlekpui la dzi. Abraham na ŋkɔ teƒe la be, “Yehowa naa nu,” eye ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe. Yehowa ƒe dɔla la gayɔ Abraham tso dziƒo, eye wògblɔ nɛ be, “Nye, Yehowa, meka atam na wò le nye ŋkɔ dzi be esi nèɖo tom, eye mègbe viwò ŋutsuvi lɔlɔ̃a tsɔtsɔ nam o ta la, makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi, eye woanye yayra na dukɔwo katã le anyigba dzi. Esiawo katã ava eme, elabena èɖo tom.” Ale Abraham gatrɔ va ɖekakpuiawo gbɔ, eye wogatrɔ yi Beerseba, eye Abraham nɔ Beerseba. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogblɔ na Abraham be, “Milka hã zu vinɔ, edzi viŋutsuwo na nɔviwò ŋutsu, Nahor. Uz nye via gbãtɔ, Buz dzɔ ɖe Uz yome, kplɔɖoae nye Kemuel (ame si nye Aram fofo). Bubuawoe nye Kesed, Hazo, Pildas, Yidlaf kple Betuel.” Betuel nye Rebeka fofo. Milka dzi ŋutsuvi enyi siawo na Abraham nɔvi ŋutsu, Nahor. Eƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Reuna la hã dzi viŋutsu siawo: Teba, Gaham, Tahas kple Maaka nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/23-31a2b11138da7e192833aa3f59bf87be.mp3?version_id=1613,"Sara tsi xɔ ƒe alafa ɖeka blaeve-vɔ-adre. Eku le Kiriat Arba (si nye Hebron) le Kanaanyigba dzi. Abraham yi be yeafa konyi, eye yeafa avi nɛ. Esime wòtsi tsitre ɖe srɔ̃a kukua gbɔ la, egblɔ na Hititɔwo be, “Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.” Hititɔ la ɖo eŋu na Abraham be, “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.” Abraham tsi tsitre, eye wòde ta agu na Hititɔwo hegblɔ be, “Zi ale si wònye nenema miedii ko la, mive nunye, miaɖe kuku na Efrɔn, Zoha ƒe vi nam be wòadzra eƒe kpeto Makpela si le eƒe anyigba ƒe seƒe lɔƒo la nam. Maxe ga home si dzi míalɔ̃ ɖo la katã nɛ, eye wòazu ameɖiƒe na ƒonyemetɔwo tegbee.” Efrɔn nɔ ameawo dome. Eƒo nu, ɖo Abraham ƒe nya la ŋu le Hititɔwo katã ŋkume. Egblɔ na Abraham be, “Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.” Abraham gade ta agu na Hititɔwo, eye wòɖo nya la ŋu na Efrɔn esime ame sia ame nɔ to dzi be, “Ao, na maƒlee ko. Na maxe ga home si anyigba la xɔ la, ekema maɖi nye ame kukuwo ɖe edzi.” Efrɔn ɖo eŋu na Abraham be, “Ɖo tom, nye aƒetɔ; anyigba la ƒe asie nye klosalo kilogram atɔ̃. Ke nu kae nye ga home ma le nye kple wò dome? Ɖi wò ame kuku.” Abraham lɔ̃ ɖe klosalo kilogram atɔ̃ si Efrɔn bia le Hititɔwo dome la dzi, eye wòxee nɛ. Ale Efrɔn ƒe anyigba si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, anyigba la kple kpeto si le eme la siaa kple ati siwo le anyigba la ƒe liƒowo me la trɔ zu Abraham tɔ le Hititɔ siwo va du la ƒe agbo nu la katã ƒe ŋkume. Emegbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto si le Makpela si te ɖe Mamre ŋu la me. Teƒe sia le Hebron le Kanaanyigba dzi. Ale Hititɔwo wɔ agbalẽ ɖe anyigba la kple kpeto si le edzi la dzi na Abraham be wòanye eƒe ameɖiƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/24-7eae77c645bf4fbb95e78a4586a02774.mp3?version_id=1613,"Abraham tsi ŋutɔ azɔ, eye Yehowa yrae le mɔ sia mɔ nu. Gbe ɖeka la, Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla, ame si nye eƒe subɔla tsitsitɔ be, “Tsɔ wò asiwo de nye ata te, eye nàka atam nam le Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋkume be màna vinye naɖe Kanaan nyɔnuvi siawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ àyi nye denyigba dzi kple ƒonyemetɔwo dome, eye nàɖe srɔ̃ nɛ le afi ma.” Aƒedzikpɔla la biae be, “Ke ne nyemate ŋu kpɔ ɖetugbi aɖeke si alɔ̃ be yeava teƒe didi sia o ɖe, ekema ɖe makplɔ Isak ayi afi ma boŋ, ale be wòanɔ ƒowòmetɔwo domea?” Abraham ɖo eŋu be, “Gbeɖe! Kpɔ nyuie be màwɔ nenema gbeɖe o, elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃. Ke ne medze edzi nenema o la, ekema atam sia megabla wò o, gake mègakplɔ vinye yi be, wòatsi afi ma gbeɖegbeɖe o.” Ale aƒedzikpɔla la tsɔ eƒe asiwo de Abraham ƒe ata te, eye wòka atam be yeawɔ eƒe ɖoɖowo dzi. Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me. Ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua godo le vudo aɖe to. Esi ɣe trɔ la, dua me nyɔnuwo va nɔ tsi kum. Aƒedzikpɔla la do gbe ɖa be, “O, Yehowa, nye aƒetɔ ƒe Mawu, kpɔ nublanui na nye aƒetɔ Abraham, eye nàna be nye asi nasu nu si ta meva afi sia ɖo la dzi. Kpɔm ɖa, mele tsitre ɖe vudo sia to, ɖetugbiwo tso dua me va le tsi kum. Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.” Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor. Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ. Menya ŋutsu haɖe o. Eva tsikuƒe la, ku tsi ɖe eƒe tsikuze me, eye wògado go. Aƒedzikpɔla la ɖe abla te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem tso wò tsikuze la me mano.” Ɖetugbi la ɖo eŋu be, “Mana tsi wò faa, nye aƒetɔ.” Eku tsi na aƒedzikpɔla la enumake, eye wògblɔ be, “Mana wò kposɔwo hã va se ɖe esime woaɖi kɔ!” Ale Rebeka ku tsi kɔ ɖe lãwo ƒe tsinonu me. Egatrɔ yi ɖaku tsi le vudoa me zi geɖe va se ɖe esime kposɔawo no tsi wòsu wo. Aƒedzikpɔla la megagblɔ nya aɖeke o, ke boŋ eda ŋku ɖi be yeakpɔ be Yehowa wɔ ɖe nu siwo katã yebiae la dzi mahã. Esi kposɔawo no tsi heɖi kɔ vɔ la, etsɔ sikatogɛ kple sikalɔnugɛ na Rebeka. Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?” Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi. Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.” Aƒedzikpɔla la tsi tsitre ɖe afi ma sẽe, de ta agu, eye wòkafu Yehowa gblɔ be, “Yehowa Mawu, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, meda akpe na wò be nève nye aƒetɔ nu, eye nèwɔ wò ŋugbedodo dzi nɛ be nèkplɔm tẽe va do ɖe nye aƒetɔ ƒe ƒometɔwo dome.” Ɖetugbi la ƒu du yi aƒe me be yeaka nya la ta na yeƒe amewo. Nɔviŋutsu aɖe nɔ Rebeka si. Eŋkɔe nye Laban. Esi wòkpɔ togɛ la kple alɔnugɛ la le nɔvia nyɔnu ƒe abɔ, eye wòse Rebeka ƒe ɖaseɖiɖi tso nya si ŋutsu la gblɔ nɛ ŋuti ko la, eɖe abla yi ŋutsu la gbɔ le tsikuƒe la. Ekpɔe wòtsi tsitre ɖe kposɔawo gbɔ. Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.” Ale aƒedzikpɔla la dze Laban yome yi aƒe me, eye woɖe agba na kposɔawo. Laban na gbe ƒuƒu aƒedzikpɔla la be wòana kposɔawo. Emegbe la, ena tsi aƒedzikpɔla la kple ŋutsu siwo kplɔe ɖo la be woaklɔ afɔ. Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.” Egblɔ be, “Abraham ƒe subɔlae menye. Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe. Azɔ esi nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, tsi ŋutɔ la, edzi viŋutsu na nye aƒetɔ, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe nu sia nu nɛ. Nye aƒetɔ na medo ŋugbe nɛ heka atam ɖe nya si wògblɔ nam dzi be, ‘Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o, ke boŋ yi nye ƒometɔwo gbɔ le teƒe bubu, eye nàkplɔ ɖetugbi aɖe tso afi ma vɛ na vinye wòaɖe.’ “Mebia nye aƒetɔ hã be, ‘Ke ne nyemekpɔ ɖetugbi si alɔ̃ be yeava o ɖe?’ “Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome. Le wò atamkaka ta la, ele na wò be nàyi aɖabia. Ne womaɖo ame aɖeke ɖa o la, ekema èvo tso wò atamkaka la me.’ “Ɣetrɔ sia, esi meva ɖo vudo la to la, medo gbe ɖa be, ‘O, Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, ne èdi be nye asi naka nu si ta meva afi sia ɖo la, meɖe kuku, kplɔm ale. Mele afi sia, le vudo sia to. Magblɔ na ɖetugbi aɖe si ava tsi ku ge la be, “Meɖe kuku, na tsim mano,” eye wòaɖo eŋu nam be, “Mana tsi wò faa, eye mana tsi wò kposɔawo hã!” Na ɖetugbi ma nanye esi wò Yehowa, nètia be wòanye nye aƒetɔ ƒe vi srɔ̃.’ “Esi menɔ nya siawo gblɔm la, Rebeka gbɔna ɖaa, tsikuze nɔ abɔta nɛ. Eyi ɖaku tsi le vudo la me ɖe tsikuze la me. Megblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na tsim mano.’ “Eɖiɖi tsikuze la ɖe anyi enumake be manoe, eye wògblɔ be. ‘Amegã, mana tsi wò kposɔwo hã!’ Ke menoe, eye wòna nye kposɔwo hã. “Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ. Emegbe la, mede ta agu, eye mekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, elabena ekplɔm to mɔ nyuitɔ dzi be meke ɖe ɖetugbi aɖe ŋu tso nye aƒetɔ nɔviŋutsu ƒe vinyɔnuwo dome, eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.” Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o. Kplɔe yi, eye wòazu wò aƒetɔ ƒe vi srɔ̃ abe ale si Yehowa gblɔe ene.” Le ŋuɖoɖo sia ta la, Abraham ƒe aƒedzikpɔla dze klo ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã. Emegbe la, woɖu nu, no nu dzidzɔtɔe eye Abraham ƒe aƒedzikpɔla la kple eƒe amewo tsi afi ma dɔ. Ke esi ŋu ke ŋdi kanya la, aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Mina matrɔ ayi nye aƒetɔ gbɔ!” Rebeka dada kple nɔvia gblɔ be, “Míedi be Rebeka naganɔ mía gbɔ ŋkeke ewo lɔƒo teti, ekema ate ŋu ayi.” Ke aƒedzikpɔla la ɖe kuku be, “Migaxe mɔ na nye tɔtrɔ o. Yehowa ŋutɔ na nu si ta meva la dze edzi nam, eye medi be mayi aɖana akɔnta nye aƒetɔ.” Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.” Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.” Ale wodo hedenyui nɛ, eye woɖe nyɔnu si kpɔ edzi tso ɖevime la kpe ɖe eŋu, hekpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti. Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.” Ale Rebeka kple eƒe dɔlanyɔnuwo de kposɔawo dzi, eye wodzo kple Abraham ƒe aƒedzikpɔla la. Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi. Gbe ɖeka fiẽ esi wònɔ tsa ɖim le gbedzi nɔ gbe dom ɖa la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa. Rebeka kpɔe ɖa, eye wòɖi enumake le kposɔ la dzi. Rebeka bia aƒedzikpɔla la be, “Ame kae ma le zɔzɔm le gbedzi gbɔna mía kpe ge?” Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ ƒe viŋutsue!” Ale Rebeka tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo. Tete aƒedzikpɔla la gblɔ ŋutinya blibo la na Isak. Isak kplɔ Rebeka de dadaa ƒe agbadɔ me, eye wòzu srɔ̃a. Isak lɔ̃ srɔ̃a ŋutɔ, eye Rebeka zu akɔfafa tɔxɛ nɛ le dadaa ƒe ku megbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/25-1ab70faef70a348151dbda1167e5b270.mp3?version_id=1613,"Abraham gaɖe srɔ̃ bubu, ame si ŋkɔe nye Ketura. Edzi Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua na Abraham. Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe viŋutsuwoe nye: Asurim, Letusim kple Leunim. Midian ƒe viŋutsuwoe nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak; ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la hã, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o. Abraham ƒe agbenɔƒewo katã nɔ ƒe alafa ɖeka blaadre-vɔ-atɔ̃. Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe kpeto la me le Makpela si te ɖe Mamre ŋu, le Hititɔ Efron, Zoha ƒe vi ƒe anyigba dzi. Teƒe siae Abraham ƒle le Hititɔ la si; afi mae woɖi Abraham kple srɔ̃a ɖo. Le Abraham ƒe ku megbe la, Mawu kɔ yayra geɖewo ɖe Isak dzi. Fifia Isak ʋu yi ɖanɔ Beer Lahoi Roi. Esia nye Ismael, Abraham ƒe viŋutsu, ame si Hagar, Egiptetɔ si nye Sara ƒe dɔlanyɔnu dzi na Abraham la ƒe ŋutinya. Ismael ƒe viwoe nye: Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam, Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedema. Viŋutsu wuieve siawo nye Ismael vi siwo va zu fia na to wuieveawo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo na toawo. Mlɔeba la, Ismael va ku le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ. Ismael ƒe dzidzimevi siawo kaka ɖe anyigba dzi tso Havila va se ɖe Sur si te ɖe Egipte ƒe liƒowo ŋu le Asiria gome. Wowɔa aʋa edziedzi kple wo nɔewo. Abraham ƒe vi Isak ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya yi ale. Abraham ye dzi Isak. Isak xɔ ƒe blaene esi wòɖe Rebeka, ame si nye Betuel, Arameatɔ tso Padan Aram, Laban nɔvinyɔnu ƒe vi. Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu. Edze na Rebeka abe ɖevi evee nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me ene! Egblɔ be, “Nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nu sia nu o.” Ale wòbia gbe Yehowa tso eŋu. Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.” Le nyateƒe me la, edzi evenɔviwo. Ɖa dzĩ nɔ gbãtɔ ŋu abe lãfuwue wòdo ene! Ale woyɔe be “Esau.” Wodzi ɖevi evelia wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi. Nu sia tae wona ŋkɔe be Yakob si gɔmee nye, “Nuhala” ɖo. Isak xɔ ƒe blaade esi wòdzi evenɔviawo. Esi ɖeviawo tsi la, Esau zu adela xɔŋkɔ aɖe, ke Yakob ya zu ame fafa aɖe si lɔ̃a aƒemenɔnɔ. Ɖeviawo dometɔ si Isak lɔ̃ wu lae nye Esau, le adelã si wòtsɔna vaa aƒe mee ta; ke esi Rebeka lɔ̃ wu lae nye Yakob. Gbe ɖeka la, Yakob nɔ detsi ƒom esime Esau gbɔ tso adegbe. Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.” Yakob ɖo eŋu be, “Enyo, ekema tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye nam, eye nàxɔ akplẽdzĩ la.” Esau gblɔ be, “Ne dɔ le ame aɖe wum wòɖo kudo nu ɖe, viɖe kae gale eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu nɛ?” Yakob xɔ edzi gblɔ be, “Enyo, ekema ka atam na Mawu be ŋgɔgbevinyenye la zu tɔnye.” Esau ka atam, eye wòto esia me dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye la na nɔvia suetɔ, eye Yakob tsɔ abolo, ayi kple dedetsi na Esau wòɖu, no tsi ɖe edzi, eye wòyi eƒe wɔnawo dzi. Ke Esau metsɔ ɖeke le eme be yeɖe asi le yeƒe ŋgɔgbevinyenye ŋuti nenema o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/26-8c773db739d4e01e50fe78516d4bb68c.mp3?version_id=1613,"Dɔ gã aɖe to ɖe anyigba la dzi abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi Gerar, afi si Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia nɔ. Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o. Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me. Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.” Eya ta Isak nɔ Gerar. Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ. Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem. Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?” Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.” Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.” Abimelek ɖe gbeƒã be, “Ame sia ame si awɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ame sia alo srɔ̃a ŋu la aku.” Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae. Ezu kesinɔtɔ gã aɖe, eye eƒe kesinɔnuwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko. Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me. Woxe eƒe vudo siwo katã fofoa Abraham ƒe subɔlawo ɖe la. Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.” Ale Isak ʋu yi Gerar ƒe balime, eye wònɔ afi ma koŋ. Isak gbugbɔ fofoa Abraham ƒe vudo siwo Filistitɔwo xe le fofoa ƒe ku megbe la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo. Eƒe alẽkplɔlawo hã ɖe vudo yeye aɖe ɖe Gerar ƒe balime, eye woke ɖe tsi dzidzi ŋu le anyigba ƒe tume. Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.” Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.” Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.” Esi wòyi Beerseba la, Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.” Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi. Gbe ɖeka la, Isak xɔ amedzro aɖewo tso Gerar. Ame siawo nye Fia Abimelek kple eƒe aɖaŋudela Ahuzat kple eƒe aʋafia Pixol. Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.” Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome. Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.” Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, woka atam na wo nɔewo be yewomatsi tsitre ɖe yewo nɔewo ŋu o. Emegbe Isak do mɔ wo, eye wodzo yi aƒe kple dzidzɔ. Gbe ma gbe ke Isak ƒe subɔlawo va gblɔ nɛ be, “Míeke ɖe tsi ŋu le vudo si ɖem míele la me.” Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe. Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat. Ke Isak kple Rebeka mekpɔ dzidzɔ le Esau ƒe srɔ̃ siawo ɖeɖe ŋu o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/27-2917c8eda2c786f300a7728aa0f3c439.mp3?version_id=1613,"Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.” Isak yi edzi gblɔ be, “Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi. Tsɔ wò da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu lã aɖe tsɔ gbɔe. Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe vɛ nam maɖu, be mayra wò, vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku.” Ke Rebeka fi nya si Isak gblɔ na via Esau la se. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeadi lã aɖe awu la, Rebeka yɔ via Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Mese fofowò gblɔ na nɔviwò be, ‘Di adelã nàɖa nui nam maɖu, eye mayra wò le Yehowa ŋkume hafi maku.’ ” Rebeka yi edzi gblɔ be, “Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na wò la tututu. Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la vɛ nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la nɛ. Àtsɔ nuɖuɖu la ayi na fofowò wòaɖu. Ne eɖui vɔ la, ayra wò boŋ ɖe fowò Esau teƒe hafi aku.” Ke Yakob gblɔ na dadaa be, “Enyo pɛ, gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃. Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado lã ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!” Rebeka gblɔ na via be, “Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. Wò ya wɔ nu si megblɔ na wò la. Yi nàlé gbɔ̃awo vɛ.” Ale Yakob zɔ ɖe dadaa ƒe ɖoɖowo dzi. Ewu gbɔ̃awo, ko wo nyuie, eye dadaa tsɔ lã la ɖa nu si vivia Isak nu. Le esia megbe la, Rebeka tsɔ Esau ƒe awu nyuitɔwo, eye wòna Yakob do wo. Etsɔ gbɔ̃awo ƒe agbalẽwo wɔ asiwuiwo, eye wòtsɔ gbɔ̃gbalẽ la ƒe ɖe wɔ kawo tsi ɖe asiwuiawo ŋu heku kɔ na Yakob. Etsɔ lã si nɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la nɛ. Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, “Fofonye.” Eɖo eŋu bena, “Nyee nye si, vinye kae nye ema?” Yakob ɖo eŋu be, “Nye Esau, viwò tsitsitɔe. Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ la. Nuɖuɖu nyui si nèdi lae nye esi. Fɔ nàɖui eye nàyram.” Enumake Isak gblɔ be, “Vinye, aleke nèwɔ hafi wò asi ka lã kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be, “Yehowa, wò Mawu lae kpe ɖe ŋunye.” Isak gblɔ na Yakob be, “Te ɖe ŋunye. Medi be mali asi ŋuwò, ale be maka ɖe edzi be Esau tututue!” Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, “Gbe la nye Yakob tɔ, gake asiawo nye Esau tɔ!” Isak di be yeayra Yakob, gake egabia be, “Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!” Isak gblɔ be, “Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la vɛ nam. Ne meɖui vɔ la, ekema mayra wò.” Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la. Emegbe Isak gblɔ be, “Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!” Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be, “Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ sɔ kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble si Yehowa yra la ene. Mawu nana dziƒozãmu nadza ɖe wò nukuwo dzi ɣe sia ɣi, eye wòana bli kple wain yeye nasɔ gbɔ na wò. Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.” Esi Isak yra Yakob vɔ teti, eye Yakob do go le fofoa ƒe xɔ me la, Esau gbɔ tso adegbea. Eya hã ɖa nu si fofoa lɔ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi nɛ. Esau gblɔ be, “Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la vɛ na wò. Fɔ nàɖu nua, eye nàyram!” Isak bia be, “Wò ame kae?” Esau ɖo eŋu be, “Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!” Isak de asi ƒoƒo me kpakpakpa. Egblɔ be, “Ekema ame kae tsɔ nuɖuɖu vɛ nam fifi laa meɖu, eye meyrae kple yayra si womagate ŋu aɖe ɖa o la?” Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, “Oo fofonye, yram! Yra nye hã!” Isak ɖo eŋu be, “Nɔviwò va flum, eye wòxɔ wò yayra.” Esau gblɔ kple vevesese be, “Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ ɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra hã. Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?” Isak ɖo eŋu gblɔ be, “Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain hã nɛ. Nu kae gali matsɔ ana wò.” Esau xɔ nya la dzi gblɔ na fofoa be, “Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye hã!” Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o. Mlɔeba la, Isak gblɔ na Esau be, “Manɔ anyigba wɔnuku aɖeke dzi o, eye zãmu hã madza na wò akpɔ o. Wò yi anyi wò eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe.” Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.” Ke ame aɖe va nya nu tso Esau ƒe tameɖoɖo ŋu, eye wòɖo afɔ afɔta na Rebeka. Eya ta Rebeka yɔ Yakob, eye wògblɔ nɛ be, “Esau le nugbe ɖom ɖe wò agbe ŋuti.” Rebeka yi edzi be, “Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran. Nɔ afi ma va se ɖe esime nɔviwò ƒe dɔmedzoe nu nafa, eye wòaŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be. Ekema maɖo du ɖe wò, elabena manyo be mi ame evea siaa miabu ɖem gbe ɖeka o.” Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, “Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/28-2802d59f03fc2b7369ffd1241871240f.mp3?version_id=1613,"Isak yɔ Yakob, yrae, eye wògblɔ nɛ be, “Mègaɖe Kanaan nyɔnu siawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka. Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe! Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.” Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa. Esau kpɔ be ye fofo Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan Aram be wòaɖe srɔ̃ le afi ma, ke ede se na Yakob be, “Megaɖe Kanaan nyɔnu o.” Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Padan Aram. Esau de dzesii be Kanaan nyɔnuawo medze ye fofo Isak ŋu o. Ale Esau yi etɔgã, Ismael ƒe ƒome me, eye wòɖe srɔ̃ bubu eve tso afi ma kpe ɖe srɔ̃ siwo nɔ esi xoxo la ŋu. Srɔ̃ yeye siawo dometɔ ɖekae nye Mahalat, Nebayɔt nɔvi kple Ismael si nye Abraham ƒe viŋutsu la ƒe vinyɔnu. Yakob dzo le Beerseba, eye wòɖo ta Haran. Esi zã do la, etsi teƒe aɖe dɔ, eye wòziɔ kpe aɖe abe suɖui ene be yeadɔ alɔ̃. Eku drɔ̃e kpɔ atsrɔe aɖe si didi tso anyigba yi ɖatɔ dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo nɔ eliam ganɔ ɖiɖim. Ekpɔ Yehowa wònɔ atsrɔe la tame, eye wògblɔ be, “Nyee nye Yehowa, Abraham ƒe Mawu kple fofowò Isak ƒe Mawu. Anyigba si dzi nèmlɔ la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo, elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Gawu la, meli kpli wò, makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi la, eye makplɔ wò nàgbɔ ava anyigba sia dzi dedie. Manɔ kpli wò va se ɖe esime matsɔ nu siwo katã ŋugbe medo na wò la ana wò.” Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.” Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.” Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi. Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz. Yakob ɖe adzɔgbe na Mawu be, “Ne Mawu ave nunye, akpɔ tanye le nye mɔzɔzɔ sia me, ana nuɖuɖu kple nutatam, eye wòakplɔm magbɔ ava fofonye gbɔ dedie la, ekema matia Yehowa abe nye Mawu ene! Ŋkuɖodzikpe sia azu mawusubɔƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/29-5e6dde9755ee5ed01fa78c13ff0515e8.mp3?version_id=1613,"Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenutowo me. Ekpɔ alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe gbe dzi le vudo aɖe to, nɔ lalam be woana tsi yewo yewoano. Ke wotsɔ kpe gã aɖe tu vudoa nu. Enye woƒe kɔnu be womahe kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo katã nava ɖo afi ma. Ne wona tsi alẽhawo katã wono vɔ la, wogamlia kpe la ɖoa vudo la nu. Yakob te ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye wòbia wo be, “Nɔvinyewo, afi ka míetso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Haran.” Yakob bia be, “Mienya ame aɖe si woyɔna be Laban, eye wònye Nahor ƒe via?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenyae.” Egabia wo be, “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eli nyuie, eye nuwo dze edzi nɛ. Kpɔ ɖa, via nyɔnu, Rahel kplɔ alẽwo gbɔnae.” Yakob gabia wo be, “Nu ka ta miana tsi alẽawo ale be woate ŋu agatrɔ ayi gbeɖuƒe o ɖo? Elabena zã medo haɖe o; ne mieƒo ƒu wo ɖe afi sia fifia la, dɔ awu wo.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míemlia kpea ɖa o va se ɖe esime alẽhawo kple alẽkplɔlawo katã va ƒo ƒu ɖe afi sia.” Esi wonɔ nya siawo gblɔm la, Rahel va ɖo kple fofoa ƒe alẽwo, elabena alẽkplɔla wònye. Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo. Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me. Yakob gblɔ na Rahel be fofoa ƒe ƒometɔ kple Rebeka ƒe viŋutsu yenye. Ale Rahel ƒu du yi ɖagblɔ nya la na fofoa. Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma. Laban gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋue nènye.” Esi Yakob nɔ Laban gbɔ ɣleti ɖeka la, Laban gblɔ nɛ gbe ɖeka be, “Menye esi nye kple wò míenye ƒometɔwo ta nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Ho neni maxe na wò?” Vinyɔnu eve nɔ Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Rahel. Lea ƒe ŋkuwo nya kpɔna, eye Rahel ya dze tugbe ŋutɔ. Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, “Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre.” Laban ɖo eŋu be, “Melɔ̃. Enyo nam be matsɔe na wò boŋ wu be matsɔe na ame bubu aɖe si medo ƒome kplim o.” Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ. Mlɔeba la, ɣeyiɣi la de be wòaɖee. Yakob gblɔ na Laban be, “Mewɔ nu si nèɖo nam la, eya ta ele na wò azɔ be nàɖe asi le srɔ̃nye ŋu nam madɔ kplii.” Ale Laban ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ŋutsu siwo katã nɔ dua me la be woakpɔ dzidzɔ kple Yakob. Emegbe le zã me la, Laban kplɔ Lea yi na Yakob, eye Yakob dɔ egbɔ. Laban tsɔ eƒe kosi Zilpa na Lea be wòanye eƒe dɔlanyɔnu. Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe! Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, “Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?” Laban ɖo eŋu be, “Mesɔ ɖe míaƒe kɔnyinyi nu be woaɖe ɖetugbi suetɔ gbã hafi woaɖe tsitsitɔ o. Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!” Yakob lɔ̃ be yeagasubɔ ƒe adre bubu, ale Laban tsɔ Rahel hã nɛ. Laban tsɔ eƒe kosivi Bilha na Rahel be wòasubɔe. Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu. Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko. Ale Lea fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Ruben si gɔmee nye “Yehowa kpɔ nye xaxa,” elabena egblɔ be, “Yehowa kpɔ nye xaxa; azɔ la, srɔ̃nye alɔ̃m.” Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.” Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.” Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/30-6c8e24633ce32ad2feaf09828ca23eec.mp3?version_id=1613,"Esi Rahel kpɔ be yemele vi dzim o la, eʋã ŋu nɔvia nyɔnu. Egblɔ na Yakob be, “Na madzi vi, ne menye nenema o la, maku.” Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?” Rahel gblɔ nɛ be, “Metsɔ nye subɔla Bilha na wò, dɔ egbɔ ne wòadzi vi, eye viawo nazu vinyewo.” Ale wòtsɔ Bilha nɛ wòzu srɔ̃a, eye wòdɔ egbɔ; efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob. Rahel na ŋkɔe be Dan si gɔmee nye “Afiatsotso,” elabena egblɔ be, “Mawu tso afia nam, ese nye gbedodoɖa, eye wòna ŋutsuvim.” Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob. Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!” Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob. Lea na ŋkɔe be Gad si gɔmee nye “Dzɔgbenyui ɖi kpem!” Zilpa dzi ŋutsuvi evelia na Yakob, eye Lea na ŋkɔe be Aser si gɔmee nye “Dzidzɔ”, elabena egblɔ be, “Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyɔnu bubuwo abu be woyram vavã!” Gbe ɖeka le lũŋeɣi la, Ruben gbe agbitsa aɖewo tso gbe me vɛ na dadaa Lea. Rahel ɖe kuku na Lea be wòana agbitsa la ƒe ɖe ye. Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.” Gbe ma gbe fiẽ, esi Yakob tso gbedzi gbɔna la, Lea yi ɖakpee, gblɔ nɛ be, “Egbe la, nye gbɔe nàdɔ, elabena metsɔ agbitsa siwo vinye gbe vɛ la na Rahel ɖe tawò!” Ale Yakob dɔ Lea gbɔ. Mawu se Lea ƒe gbedodoɖa, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia nɛ. Lea na ŋkɔe be Isaka si gɔmee nye “Fetu,” elabena egblɔ be, “Mawu tu fe nam, elabena metsɔ nye kosivi na srɔ̃nye wòɖe.” Egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob. Ena ŋkɔe be Zebulon si gɔmee nye “Nunana,” elabena egblɔ be, “Mawu tsɔ nu nyuiwo to dzinye na srɔ̃nye. Azɔ la, srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ.” Emegbe la, edzi nyɔnuvi, eye wòna ŋkɔe be Dina. Tete Mawu ɖo ŋku Rahel dzi le eƒe xaxa me, eye wòse eƒe gbedodoɖa heʋu eƒe vidzidɔ nu. Efɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be, “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa.” Ena ŋkɔ ɖevi la be Yosef, eye wògblɔ be, “Yehowa natsɔ ŋutsuvi bubu akpee nam.” Esi Rahel dzi Yosef vɔ megbe teti ko la, Yakob gblɔ na Laban be, “Medi be matrɔ ayi aƒe. Na makplɔ srɔ̃nyewo kple vinyewo ɖe asi, elabena wò ŋutɔ ènya ale si mesubɔ wò ɖe wo tae.” Laban gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, mègadzo le gbɔnye o, elabena to nukaka me la, menya be wò afi sia nɔnɔe na mekpɔ yayra geɖe siawo. Ho neni mada ɖe fetu dzi na wò be nàganɔ gbɔnye? Ho sia ho si wòanye la, maxee na wò.” Yakob ɖo eŋu be, “Ènya ale si mesubɔ wò anukwaretɔe le ƒe geɖe siawo me kple ale si wò lãwo dzii, elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?” Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?” Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. Na matsa le wò lãhawo katã me egbe, eye maɖe alẽ siwo katã le ŋɔtaŋɔta la kple alẽvi ɖe sia ɖe si le yibɔ kple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta la. Woawoe anye nye fetu. Ekema ɣe sia ɣi si nàkpɔ gbɔ̃ ɣi alo alẽ ɣi aɖe le tɔnyewo dome la, nànya be ɖe mefi wo tso tɔwòwo dome!” Laban lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; míawɔe abe ale si nègblɔe ene!” Gbe ma gbe ke la, eɖe gbɔ̃tsu siwo katã ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta kple gbɔ̃nɔ siwo katã ŋu fli le, esiwo katã le ɣie kple alẽvi siwo katã le yibɔ la ɖe aga, eye wòtsɔ wo de via ŋutsuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Ena eya ŋutɔ kple Yakob dome didi abe ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔlizɔzɔ ene, eye Yakob yi Laban ƒe lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. Yakob lã atilɔ fɛ̃ aɖewo, kpa tsro le akpa aɖewo ŋu, ale be wozu ŋɔtaŋɔta, eye fli to ɖewo me. Etsɔ wo da ɖe lãwo ƒe tsinoƒe, ale be lãwo nakpɔ wo ne wova tsinoƒe, afi si lãtsuwo yɔa asi lãnɔwo le la. Lãtsuawo yɔa asi le atilɔawo gbɔ, eye lãnɔawo dzia vi siwo le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ŋu fli le la. Eye Yakob ɖe lãviawo ɖa le tsitsiawo ŋu, ke ena bubuawo dze ŋgɔ lã siwo le ŋɔtaŋɔta kple esiwo le yibɔɔ henye Laban tɔ. Ewɔ lãha aɖe na eɖokui, eye mena wotɔtɔ kple Laban ƒe lãwo o. Kpe ɖe esia ŋu la, ne ekpɔ be lã sesẽwo le asi yɔm la, etsɔa atilɔ siwo wòŋlɔ la dana ɖe tsinoƒea be woafɔ fu ɖe ati ŋɔŋlɔawo ŋu. Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ! Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/31-7ad4d50f798368ad0237faaa67231d25.mp3?version_id=1613,"Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.” Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o. Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, “Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ wò ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli wò.” Eya ta gbe ɖeka Yakob ɖo du ɖe Rahel kple Lea be woava kpɔ ye le alẽhawo gbɔ le gbedzi, ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ. Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam. Mienya ale si mewɔ dɔ sesĩe na mia fofo, ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe mɔ nɛ be wòawɔ nuvevi aɖekem o! Elabena ne egblɔ be lã ŋɔtaŋɔtawo nanye tɔnye la, ekema lã siwo wodzi la nɔa ŋɔtaŋɔta. Esi wòtrɔ ɖoɖo la hegblɔ be lã siwo me fli to nazu tɔnyewo la, fli nɔa lãawo katã ŋuti. Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta. “Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la. Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃ea me be, ‘Yakob,’ eye metɔ be, ‘Nyee nye esi.’ Eye wògblɔ nam be mana gbɔ̃tsu siwo me fli le kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la nayɔ asi gbɔ̃nɔ ɣiawo.” Egblɔ be, “Elabena mekpɔ nu siwo katã Laban wɔ ɖe ŋuwò la. Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia wò le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na wò be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi wò ɖo la.” Rahel kple Lea ɖo eŋu be, “Nu sia nyo na mí! Naneke mele afi sia na mí o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na mí o! Ele nuwo wɔm ɖe mía ŋu abe amedzrowo míenye ene. Etsɔ mí dzra, eye nu si wòxɔ ɖe mía ta hã megali o. Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na wò to mía fofo dzi la nye mí kple mía viwo tɔ, eya ta wɔ nu sia nu si Mawu be nàwɔ la.” Yakob kɔ viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi, eye wodzo. Ke ena wokplɔ eƒe lãhawo do ŋgɔe kpe ɖe nunɔamesi siwo katã wòkpɔ le Padan Aram la ŋuti ɖo ɖe fofoa Isak le Kanaanyigba dzi. Esi Laban yi ɖe fu ko ge na eƒe alẽwo la, Rahel fi fofoa ƒe aklamakpakpɛwo tsɔ dzoe. Gawu la, Yakob flu Laban, Arameatɔ la, eye meklãe hafi dzo o. Ale wòsi kple eƒe nunɔamesiwo katã. Esi wòtso Frat tɔsisi la, eɖo ta Gilead ƒe tonyigbawo dzi. Ŋkeke etɔ̃ va yi hafi Laban nya nu tso Yakob ƒe sisi ŋu. Ekplɔ ame aɖewo ɖe asi, eye wodze eyome kple du heva tui le ŋkeke adre megbe le Gilead to la gbɔ. Gbe ma gbe la, Mawu ɖe eɖokui fia Laban Arameatɔ le drɔ̃e me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ nyuie le nu si nàgblɔ na Yakob la ŋuti. Mègayrae o, eye mègaƒo fi dee hã o.” Laban va tu Yakob esime Yakob tu agbadɔ ɖe Gilead to la dzi. Laban hã tu eƒe agbadɔ ɖe to la te. Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea? Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo? Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ. Mate ŋu awɔ nuvevi wò hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le zã si va yi la me, eye wògblɔ nam be, ‘Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.’ Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe nɔ dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?” Yakob ɖo eŋu na Laban be, “Mesi dzo, elabena menɔ vɔvɔ̃m. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Àva xɔ viwò nyɔnuwo le asinye sesẽtɔe.’ Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o. Laban yi ɖaka Yakob ƒe agbadɔ me gbã; emegbe eyi ɖaka Lea kple kosi eveawo ƒe agbadɔ me, gake mekpɔ aklamakpakpɛawo o. Esia megbe la, eyi ɖaka Rahel tɔ me azɔ. Rahel nye ame si fi aklamakpakpɛawo. Etsɔ wo ɣla ɖe eƒe kposɔ ƒe akpa te, eye wònɔ anyi ɖe wo dzi. Togbɔ be Laban ka agbadɔawo me abe ale si wòate ŋui ene hã la, mete ŋu kpɔ aklamakpakpɛawo o. Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.” Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale? Azɔ esi nèka nye nuwo katã me ɖe, nu ka nèkpɔ si nye tɔwò? Tsɔe da ɖe wò ƒometɔwo kple tɔnyewo ŋkume, eye nàna woadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome. “Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ wò alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na wò, eye nyemewu wò agbo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖa ɖu o. Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o! “Mewɔ dɔ na wò, ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le zã me, eye nyemedɔa alɔ̃ o. Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo. Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.” Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo? Na míabla ŋutifafanu kple mía nɔewo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi.” Ale Yakob ɖi kpe aɖe abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wògblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpewo ali kɔ ɖe kpe la dzi. Emegbe Yakob kple Laban ɖu nu ɖekae le kpeawo gbɔ. Laban yɔe be Yegar Sahaduta, eye Yakob yɔe be Galed. Laban gblɔ be, “Kpoƒuƒu sia nye ɖasefo le nye kpli wò dome egbea.” Eya ta woyɔe be Galed. Eya ta woyɔe hã be “Mizpa” si gɔmee nye “Nuŋudzɔla,” elabena Laban gblɔ be, “Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o hã la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe.” Laban gblɔ na Yakob be, “Kpekɔ sia le afi sia, eye sɔti sia si metu ɖe nye kpli wò dome la hã le afi sia. Kpekɔ sia nye ɖasefo, eye sɔti sia hã nye ɖasefo be nyemava to kpekɔ sia ŋu be mava wò akpa dzi ava wɔ nuvevi aɖeke wò o, eye be wò hã màto kpekɔ kple sɔti sia ŋu ava nye akpa dzi be nàva wɔ nuvevi aɖekem o. Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu. Tete Yakob sa vɔ na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ dɔ le to la dzi. Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/32-2bbc454afac3288dbbb8e4aec5e6d4cd.mp3?version_id=1613,"Yakob kple eƒe amewo gadze mɔ, eye mawudɔlawo va do goe. Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim. Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi. Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe. Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’ ” Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene! Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve, elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.” Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la, nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve! O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu. Ke èdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam, eye yeana nye dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake ene, eye womate ŋu axlẽ wo o.” Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau: gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blaeve, alẽnɔ alafa eve kple agbo blaeve, kposɔnɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blaene kple nyitsu ewo, tedzinɔ blaeve kple tedzitsu ewo. Egblɔ na eƒe subɔlawo be woadze ŋgɔ kple lãha siawo, lãha ɖe sia ɖe nanɔ eɖokui si, eye dometsotso nanɔ wo dome. Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la, woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!” Yakob gblɔ nya mawo ke na lãkplɔla bubuawo hã be woagblɔ na Esau. Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.” Ale wòɖo nunanawo ɖa do ŋgɔ, eye Yakob gatsi asaɖa me dɔ. Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok. Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã. Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli. Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu. Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.” Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.” Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.” Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma. Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.” Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me. Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/33-42e8ef10f82e0b536380ede772e0f39b.mp3?version_id=1613,"Yakob kpɔ Esau le adzɔge ʋĩi wògbɔna kple eƒe ame alafa ene. Ke ema ɖeviawo na Lea, Rahel kple kosi eveawo. Ena eƒe kosiwo kple wo viwo nɔ ŋgɔ, Lea kple viawo nɔ eyome, eye Rahel kple Yosef nɔ wo katã megbe. Yakob dze wo katã ŋgɔ. Egogo foa, eye wòde ta agu nɛ zi adre. Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe! Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.” Kosiawo kple wo viwo va ŋgɔ, eye wode ta agu nɛ. Emegbe Lea kple etɔwo va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Azɔ Rahel kple Yosef va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.” Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!” Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene. Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo. Esau gblɔ be, “Enyo, mina míadze mɔ. Nye kple nye amewo, míanɔ mia ŋu, eye míadze ŋgɔ na mi.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖeviawo dometɔ aɖewo metsi o, eye nenema ke vidzĩwo le lãwo dome. Ne míedo du wo akpa la, woaku, eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.” Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.” Ale Esau trɔ ɖo ta Seir gbe ma gbe ke. Yakob kple eƒe amewo yi ɖaɖo Sukɔt. Etu agbletaxɔ kple lãkpowo ɖe afi ma, eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot si gɔmee nye “Agbletaxɔwo.” Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo. Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka. Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/34-200be243e85e1036ac4c8de2e602db18.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Dina, Lea ƒe vinyɔnu si wòdzi na Yakob la ɖi tsa be yeakpɔ ye xɔlɔ̃ ɖetugbi aɖewo ɖa. Ke esi Fia Hamor, Hivitɔ ƒe viŋutsu, Sekem kpɔe la, elée hedɔ egbɔ sesẽtɔe. Sekem lɔ̃ Dina si nye Yakob ƒe vinyɔnu vevie, eye wòdze agbagba be eya hã nalɔ̃ ye to enubeble me. Sekem gblɔ na fofoa Hamor be, “Medi be maɖe ɖetugbi sia, eya ta ɖee nam.” Nu si Sekem wɔ ɖe Dina ŋu la va ɖo Yakob ƒe to me. Esi via ŋutsuwo nɔ nyi kplɔm le gbedzi hafi wòse nya la ta la, mewɔ naneke tso nya la ŋu o va se ɖe esime via ŋutsuawo trɔ gbɔ. Tete Sekem fofo, Hamor do go be yeaƒo nu kple Yakob. Azɔ la, Yakob ƒe viŋutsuwo gbɔ tso gbedzi esime wose nya si dzɔ la. Vevesese kple dziku yɔ wo me, elabena Sekem wɔ ŋukpenanu le Israel esime wòdɔ Yakob ƒe vinyɔnu gbɔ sesẽtɔe, nu si mele be wòawɔ o. Hamor gblɔ na Yakob be, “Vinye Sekem lɔ̃ viwò Dina ŋutɔ, eye wòdi vevie be wòazu ye srɔ̃. Meɖe kuku, ɖe mɔ nɛ wòaɖee. Mina míaɖe srɔ̃ le mía nɔewo dome; mitsɔ miaƒe vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na mi miaɖe. Miate ŋu atsi mía dome; anyigba la li faa na mi. Minɔ edzi, mitsa asi le edzi, eye miakpɔ viɖe le edzi.” Emegbe la, Sekem gblɔ na Dina fofo kple nɔvia ŋutsuwo be, “Meɖe kuku, mive nunye, eye miana Dina nazu srɔ̃nye. Mana nu sia nu si miabia la mi. Tabianu alo nunana ka ke miabia la, mana mi; mina wòazu srɔ̃nye ko!” Yakob ƒe viŋutsuwo ble Sekem kple Hamor; wowɔ nu madzɔmadzɔ sia ɖe nu si Sekem wɔ ɖe wo nɔvinyɔnu Dina ŋu ta. Wogblɔ be, “Míate ŋui gbeɖe o, elabena mietso aʋa o. Anye ŋukpe na mía nɔvinyɔnu la be wòaɖe bolobolotɔ. Nu si míawɔ lae nye be ne miaƒe ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe atso aʋa la, ekema miaɖe míaƒe nyɔnuwo, eye míaƒe ŋutsuwo hã aɖe miaƒe nyɔnuwo, míanɔ mia gbɔ, eye míawɔ ɖeka kpli mi, míazu dukɔ ɖeka. “Ne mielɔ̃ ɖe edzi eye wotso aʋa na mi o la, ekema míaxɔ mía nɔvinyɔnu la, eye míaʋu le mia gbɔ.” Nya sia trɔ na Hamor kple Via ŋutsu Sekem. Ɖekakpui la, ame si nye bubume wu ame bubuawo katã le fofoa ƒe aƒe me la wɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ la dzi enumake, elabena elɔ̃ Yakob ƒe vinyɔnu la. Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume. Hamor kple Sekem gblɔ be, “Ameawo nye mía xɔlɔ̃wo. Mina míana woatsi afi sia, anɔ mía dome, eye woawɔ woƒe dɔ, elabena míaƒe anyigba lolo; woakpɔ teƒe le edzi, woaɖe srɔ̃ tso mía dome, eye míawo hã míaɖe wo viwo. Ke hafi esia nate ŋu ava eme la, nu ɖeka koe wobia; eyae nye be míaƒe ŋutsu ɖe sia ɖe natso aʋa abe woawo ene. “Ne míewɔ esia la, ekema woƒe lãhawo, kesinɔnuwo kple dɔwɔlã siwo nye wo tɔ la azu mía tɔ, eye kesinɔnuwo ava míaƒe dukɔa me. Mina míalɔ̃ ɖe woƒe biabia sia dzi, ale be woanɔ mía dome.” Ke Ŋutsu siwo katã va ƒo ƒu ɖe dua ƒe agbo nu la, ɖo to Hamor kple via Sekem eye wolɔ̃, wotso aʋa na wo katã. Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe esi abia le wo vem la, Yakob ƒe viŋutsu eve, Simeon kple Levi siwo nye Dina nɔviwo la tsɔ woƒe yiwo, ge ɖe dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe. Wowu Hamor kple Sekem hã, eye wokplɔ Dina tso Sekem ƒe aƒe me hetrɔ yi wo nɔƒe. Emegbe Yakob ƒe viwo katã yi dua me, eye woha nuwo le dua me ɖe esi wogblẽ wo nɔvinyɔnu la ta. Wolé woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo kpakple nu siwo katã dzi woƒe asi su le dua me kple woƒe agblewo me la hã. Wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzoe, eye woha kesinɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi. Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.” Woɖo eŋu be, “Ɖe wònyo be Sekem nabu mía nɔvinyɔnu la abe gbolo enea?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/35-30f78266854f39ab12060b0174cc17f4.mp3?version_id=1613,"Mawu gblɔ na Yakob be, “Ʋu le afi sia nàyi aɖanɔ Betel, eye nàɖi vɔsamlekpui, asubɔ Mawu si ɖe eɖokui fia wò le esime nèsi le fowò Esau nu la!” Eya ta Yakob gblɔ na eŋumewo katã be woagblẽ aklamakpakpɛ siwo katã wotsɔ ɖe asi vɛ la ɖi, woale tsi, eye woaɖɔli woƒe awuwo. Eyi edzi be, “Elabena míele Betel yim, eye maɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma na Mawu si se nye gbedodoɖawo le nye xaxaɣi, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la.” Ale wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple togɛwo katã na Yakob, eye wòɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Sekem. Emegbe la, wodze mɔ. Mawu na vɔvɔ̃ dze du siwo katã me woto la dzi, ale be womeho aʋa ɖe wo ŋu o. Mlɔeba la, Yakob kple eƒe amewo va ɖo Luz si wogayɔna hã be Betel le Kanaan. Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu. Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.” Esime Yakob va ɖo Betel le eƒe mɔzɔzɔ tso Padan Aram me la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae. Mawu gblɔ nɛ be, “Wò ŋkɔe nye Yakob, gake womagayɔ wò azɔ be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ o, ke boŋ woayɔ wò azɔ be Israel si gɔmee nye ‘Ame si te kame kple Mawu.’ Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi fũu, eye nàzu dukɔ gã aɖe. Dukɔ geɖewo kple fia geɖewo ado tso wò dzidzimeviwo me. Mana anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la nazu tɔwò, eye wòava zu wò dzidzimeviwo tɔ.” Eye Mawu dzo le egbɔ, afi si wòƒo nu kplii le la. Yakob tsɔ kpe tu sɔti aɖe ɖe teƒe si Mawu ƒo nu kplii le la, eye wòwɔ nunovɔsa ɖe edzi; ekɔ ami hã ɖe edzi. Yakob na ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye, “Mawu ƒe Aƒe,” elabena afi ma Mawu ƒo nu kplii le. Emegbe la, wodzo le Betel, eye woɖo ta Efrat alo Betlehem lɔƒo. Ke Rahel de asi kuléle me le esime azɔli didi aɖe ganɔ ŋgɔ na wo. Via dzidzi sesẽ na Rahel. Mlɔeba la, vixela la do ɣli be, “Mègabu mɔkpɔkpɔ o, elabena esia hã ganye ŋutsuvi!” Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.” Ale Rahel ku, eye woɖii ɖe mɔ si yi Efrat alo Betlehem la to. Yakob tu ŋkuɖodzikpe si gali va se ɖe egbe la ɖe Rahel ƒe yɔdo dzi. Israel gayi mɔzɔzɔ dzi, eye wòtu agbadɔ ɖe Eder mɔ godo. Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon. Rahel ƒe viŋutsuwo: Yosef kple Benyamin. Bilha, Rahel ƒe kosi ƒe viwo: Dan kple Naftali. Zilpa, Lea ƒe kosi ƒe viwo: Gad kple Aser. Wodzi vi siawo katã nɛ le Padan Aram. Mlɔeba la, Yakob va ɖo fofoa, Isak gbɔ le Mamre le Kiriat Arba (teƒe si wogayɔna be Hebron), afi si Abraham hã nɔ. Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaenyi (180). Etsɔ eƒe gbɔgbɔ na, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye via ŋutsuwo, Esau kple Yakob ɖii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/36-de6d7bec8af09a55f6b1f1ac3317f5db.mp3?version_id=1613,"Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale: Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu. Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel. Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi. Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ. Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta. Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir. Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale: Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ. Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz. Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo. Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi. Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah. Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome. Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ, Teman, Omar, Zefo kple Kenaz, Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo. Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo: Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo. Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo: Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me. Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo. Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo. Lotan ƒe viwoe nye, Hori kple Heman. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu. Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam. Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.) Ana ƒe viwoe nye: Dison kple Oholibama. Dison ƒe viwoe nye: Hemdan, Esban, Itran kple Keran. Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Akan. Disan ƒe viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo. Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo le woƒe tokɔ vovovoawo nu le Seirnyigba dzi. Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye: Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba. Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia. Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe. Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit. Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe. Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe. Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe. Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi. Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu: Timna, Alva, Yetet, Oholibama, Ela, Pinon, Kenaz, Teman, Mibzar, Magdiel kple Iram. Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu. Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/37-ecd490281f515f3b8506816d95abe536.mp3?version_id=1613,"Ale Yakob gatso aƒe ɖe Kanaan, afi si fofoa nɔ la. Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo. Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo, elabena wodzi Yosef nɛ esime wònye amegãɖeɖi. Ale gbe ɖeka Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe nɛ. Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o. Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi! Egblɔ be, “Miɖo to miase nye drɔ̃e la ɖa. Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.” Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta. Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!” Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?” Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti. Gbe ɖaka la, Yosef nɔviwo kplɔ wo fofo ƒe alẽwo yi gbedzi le Sekem. Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.” Ale wògblɔ nɛ be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime. Esime Yosef ɖo Sekem la, ŋutsu aɖe kpɔe le gbea dzi, eye wòbiae be, “Ame ka dim nèle?” Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.” Ale Yosef dze wo yome yi Dotan, eye wòkpɔ wo le afi ma. Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui! Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa! Mina míawui atsɔ eƒe ŋutilã aƒu gbe ɖe vudo siawo dometɔ ɖeka me, eye míagblɔ be lã wɔadã aɖee vuvui. Ekema míakpɔ nu si ado tso eƒe drɔ̃ekuku la me ɖa.” Esi Ruben se nya sia la, edze agbagba be yeaɖee tso woƒe asi me. Egblɔ be, “Migana míawui o. Migakɔ ʋu aɖeke ɖi o. Midae ɖe vudo sia me le gbegbe la, gake migade asi eŋu o.” Ruben gblɔ nya sia be yeaɖee tso woƒe asi me, eye yeakplɔe ayi na fofoa. Eya ta esi Yosef ɖo nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu, eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me. Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte. Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi? “Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi. Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte. Ruben menɔ anyi hafi nɔviawo dzra Yosef o. Emegbe esi wòtrɔ gbɔ la, eyi be yeaɖe Yosef le vudo la me, ke esi wòkpɔ be Yosef megale vudoa me o la, evee ŋutɔ, eye wòdze eƒe awuwo. Efa avi hegblɔ na nɔviawo be, “Ɖevi la megale vudo la me o; ke afi ka nye ya mayi fifia?” Nɔviawo wu gbɔ̃ aɖe, eye wotsɔ Yosef ƒe awuwo bliba ɖe gbɔ̃ la ƒe ʋu me. Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã. Wogblɔ nɛ be, “Míekpɔ awu sia le gbedzi. Yosef tɔe loo alo menye etɔe oa?” Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.” Israel dze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòfa konyi le via ƒe ku ta kɔsiɖa geɖewo. Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe! Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte, eye wodzrae na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋudzɔsrafowo ƒe amegã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/38-9013c35ff095f9bbc5ad22af17867643.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi Adulam, eye wònɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hira la gbɔ. Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee. Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Er. Egafɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan. Egadzi ŋutsuvi ake, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Sela; teƒe si wodzii le lae nye Kezib. Esi via Er tsi la, Yuda na wòɖe nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Tamar. Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui. Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.” Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o. Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã. Eya ta Yuda gblɔ na toyɔvia, Tamar be megaɖe srɔ̃ azɔ le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ wòatrɔ ayi wo de le edzilawo gbɔ, eye wòanye ahosi va se ɖe esime ye vi suetɔ, Sela natsi ate ŋu aɖee. Ke Yuda meɖo le nyateƒe me be Sela naɖee o, gake egblɔ nenema, elabena evɔ̃ be Mawu ava wu eya hã abe ale si wòwu foa eveawo ene. Ale Tamar yi wo de le edzilawo gbɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi. Esi ame aɖe gblɔ na Tamar be toa dze Timna mɔ dzi hegbɔna fu ko ge na alẽawo, eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu. Yuda kpɔe esime wòva yina, eye wòbu be gboloe le eƒe motsyɔvɔ la ta. Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o. Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?” Yuda do ŋugbe nɛ be, “Maɖo gbɔ̃vi aɖe ɖe wò tso nye lãwo dome.” Tamar biae be, “Nu ka nàtsɔ ade awɔba, ale be maka ɖe edzi be àɖo gbɔ̃vi la ɖem?” Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?” Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu. Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene. Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o. Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?” Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.” Ale wòtrɔ va Yuda gbɔ, gblɔ nɛ be yemete ŋu ke ɖe eŋu o, eye wògblɔ nya si dua me ŋutsuwo gblɔ nɛ la na Yuda. Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.” Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!” Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?” Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o. Eƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi evenɔvi siwo nye ŋutsuviwo. Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu, ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.” Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/39-bba1be69f2a4ef7e777a3b4f2b095844.mp3?version_id=1613,"Esi Ismaeletɔwo kplɔ Yosef yi Egipte la, wodzrae abe kluvi ene na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ŋumewo dometɔ ɖeka. Eganye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã kple aƒedzikpɔlawo ƒe amega hã. Yehowa yra Yosef le eƒe aƒetɔ si nye Egiptetɔ la ƒe aƒe me ale gbegbe be nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi. Potifar de dzesii be Yehowa li kple Yosef le mɔ tɔxɛ aɖe nu, eya ta Potifar lɔ̃ Yosef. Etsɔe ɖo eƒe aƒemenuwo kple eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔkpɔ nu. Enumake Yehowa de asi Potifar yayra me ɖe Yosef ta. Eƒe aƒemenyawo katã tsɔ afɔ nyuie; eƒe agblemenukuwo ʋã nyuie, eye eƒe lãwo hã dzi ɖe edzi, eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã nɔ esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe. Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye. Yosef gbe hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu. Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.” Ke Potifar srɔ̃ ganɔ nya la ƒom ɖe Yosef nu kokoko gbe sia gbe, gake Yosef do tokui, eye wòdea axa nɛ ale si wòate ŋui. Gbe ɖeka esi Yosef nɔ eƒe aƒemedɔwo wɔm, eye ame bubu aɖeke menɔ afi ma lɔƒo o la, Potifar srɔ̃ va lé awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dɔ gbɔnye!” Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me. Esi Potifar srɔ̃ kpɔ be eƒe awu tsi ye si, eye wòsi dzo la, eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia vɛ be wòado ŋukpe mí! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli. Esi wòse medo ɣli be amewo nava xɔ nam la, egblẽ eƒe awu ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.” Etsɔ awu la dzra ɖo, eye esi srɔ̃a gbɔ fiẽ ma la, egblɔ nya blibo la nɛ be, “Hebri kluvi ma si nèkplɔ va afi sia la di be yeadɔ gbɔnye sesẽtɔe. Nye ɣlidodo koe ɖem tso eƒe asi me. Esi dzo hegblẽ eƒe awu ɖe megbe!” Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe. Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo. Ke Yehowa ganɔ kple Yosef le afi ma hã; eve enu, eye wòna gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu. Eteƒe medidi o la, gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã la tsɔ gaxɔa dzi kpɔkpɔ de asi na Yosef, eye gaxɔmenɔla bubuawo katã nɔ ete. Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/40-89884d1da788470fea801f60794bba57.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte fia ƒe ahakula kple aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ ŋu. Farao do dɔmedzoe ɖe dɔwɔla eve siawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã ŋu, eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me. Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi. Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe. Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui. Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?” Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.” Ale ahakulawo ƒe amegã la lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef. Egblɔ nɛ be, “Mekpɔ wainka aɖe le ŋgɔnye le nye drɔ̃e la me, eye alɔ etɔ̃ nɔ wainka la ŋu. Esi wode asi dzedze kple seƒoƒo me ko la, woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me. Melé Farao ƒe ahakplu ɖe asi, ale megbe waintsetseawo, eye mefia wo ɖe kplu la me hetsɔ na fia la be wòano.” Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃! Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao aɖe wò tso gaxɔ me, eye wòana nàgayi wò dɔ dzi abe ahakula ene. Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me, elabena woƒlem dzoe tso nye amewo, Hebritɔwo dome; kpe ɖe esia ŋu la, meva le gaxɔ me le afi sia le esime nyemewɔ naneke si dze na gaxɔmenɔnɔ o.” Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta; abolo ƒomevi vovovowo le kusi edzitɔ me na Farao, ke xeviwo va ɖu wo keŋkeŋ.” Yosef gblɔ nɛ be, “Drɔ̃e la gɔmee nye be kusi etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.” Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ. Tete wògatsɔ ahakulawo ƒe amegã ƒe dɔ nɛ; ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene. Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/41-2333520c9de4d95e89d424cf7e8932c3.mp3?version_id=1613,"Le ƒe eve megbe la, Farao ku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me be yetsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to. Tete nyi dami adre do tso tɔsisi la me, eye wonɔ gbe ɖum. Emegbe nyi bubu adre do tso tɔsisi la me, ke woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui, eye woƒe axaƒutiwo do. Woyi ɖatsi tsitre ɖe nyinɔ dami adreawo gbɔ. Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ! Egayi alɔ̃ me kaba, eye wògaku drɔ̃e bubu. Azɔ ya la, ekpɔ bli adre siwo ʋã nyuie la le bliti ɖeka dzi. Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ. Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye. Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o. Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi. Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la, nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me. Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí. “Eye nu sia nu va eme tututu abe ale si wògblɔe ene; nye ahakudɔ gaka asinye, wotso ta le aboloƒola nu, eye wotɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu.” Farao ɖo du ɖe Yosef enumake. Woɖee le gaxɔa me kaba; eko ta, di awu bubuwo do alɔtsɔtsɔe, eye wòdo ɖe Farao ŋkume. Farao gblɔ na Yosef be, “Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam.” Yosef gblɔ na Farao be, “Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!” Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to; tete nyi dami siwo ƒe lãme nyo nyuie la do tso tɔsisi la me, eye wode asi gbeɖuɖu me le tɔsisi la to. Ke nyi bubu adre do tso tɔsisi la me. Woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui; nyemekpɔ nyinɔ ɖiku mawo tɔgbi kpɔ le Egiptenyigba dzi o. Nyi ɖiku siawo lé nyinɔ dami siwo do tso tɔsisi la me gbã la mi, eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ! “Eteƒe medidi kura hafi megaku drɔ̃e bubu o. Azɔ ya la, bli adre nɔ bliti ɖeka dzi; bliawo katã ʋã nyuie. Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ. Bli yɔyrɔawo mi bli ʋaʋãwo. “Megblɔ esiawo katã na nye afakalawo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme nam o.” Yosef gblɔ na Farao be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le drɔ̃e eveawo si. Mawu nɔ nu si wòava wɔ le Egiptenyigba dzi la gblɔm na wò. Nyi dami adreawo kple bli ʋaʋã adreawo fia be le ƒe adre siwo gbɔna me la, nuɖuɖu abɔ ɖe anyigba la dzi. Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome. “Ale Mawu ɖe nu si wɔ ge wòala la fia wò. Nuɖuɖu abɔ ɖe Egiptenyigba blibo la dzi le ƒe adre gbãtɔ siwo gbɔna la me. Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi. “Dɔwuame la nu asesẽ ale gbegbe be ame aɖeke magaɖo ŋku edzi be nuɖuɖu bɔ kpɔ o. Drɔ̃e eve siawo le nu eve fiam Farao; wofia be nya siwo megblɔ na mi la le eme va ge kokoko, elabena Mawu ɖo wo da ɖi, eye woava eme kaba. Susu si mado ɖa lae nye be Farao nadi nunyala gãtɔ kekeake le Egipte, eye nàtsɔe aɖo agbledede ƒe ɖoɖowo nu le anyigba blibo la dzi. Mina Farao natia dɔdzikpɔla ɖe anyigba la dzi be woaxɔ Egipte ƒe nuŋeŋe ƒe atɔ̃lia ɖeka le ƒe adreawo me. Woaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui siwo gbɔna la me, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao, ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ate ŋu akplɔ mí to ƒe adre siwo dɔwuame anɔ anyi le Egipte la me. Ne menye nenema o la, tsɔtsrɔ̃ ava anyigba la dzi.” Farao kple eƒe kpeɖeŋutɔwo xɔ Yosef ƒe nyawo. Esi wode ŋugble tso ame si woahiã na dɔ sia ŋu la, Farao gblɔ be, “Ame kae ate ŋu awɔ dɔ vevi sia nyuie wu Yosef? Elabena enye ame si yɔ fũu kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ.” Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be, “Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me, eya ta metsɔ wò ɖo dɔ blibo la nu. Nya sia nya si nàgblɔ la, woawɔ edzi le Egiptenyigba blibo la dzi. Nye ɖeka koe aganye amegã na wò.” Ale Farao gblɔ na Yosef be, “Meto esia me tsɔ wò ɖo Egiptenyigba blibo la nu.” Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ. Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!” Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.” Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi. Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi. Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi. Le ƒe mawo me la, Yosef de se be woatsɔ nuku ɖe sia ɖe si woaxa le Egipte la ƒe akpa aɖe ana dziɖuɖu, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le du gãwo me. Le ƒe adrea ƒe nuwuwu la, avawo yɔ, eye nuɖuɖu si wodzɔ na dziɖuɖu la sɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke meganya akɔnta le eŋu o. Le ɣeyiɣi sia me, hafi dɔwuame ƒe ƒe gbãtɔ naɖo la, Asenat, Potifera si nye On nunɔla ƒe vinyɔnu la dzi vi eve na Yosef. Ena ŋkɔ gbãtɔ be Manase si gɔmee nye “Meŋlɔ be.” Nu si Yosef di be yeafia lae nye be Mawu ve ye nu ale gbegbe be yeŋlɔ yeƒe ɖekakpuimefuwo kple yeƒe dzodzo le yewo de be. Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.” Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu, eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte. Dɔ de asi Egipte dukɔ la wuwu me. Woɖe kuku na Farao be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ kple nya siawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòagblɔ na mi be miawɔ la.” Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi. Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/42-196dd6b737276e35a7c9e406e1b12fd6.mp3?version_id=1613,"Esi Yakob se be bli nɔ Egipte la, egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele afi sia le mia nɔewo kpɔm ɖo? Mese be bli le Egipte. Miyi afi ma miaƒle bli vɛ hafi dɔ nawu mí míaku.” Ale Yosef nɔviŋutsu ewo yi Egipte be yewoaƒle bli. Ke Yakob mena Yosef nɔvi suetɔ Benyamin yi kpli wo o, elabena evɔ̃ be nya aɖe ava adzɔ ɖe edzi abe ale si wòdzɔ ɖe Yosef dzi ene. Ale Israel ƒe viwo kple ame bubuwo tso anyigba geɖewo dzi va ɖo Egipte be yewoaƒle bli, elabena dɔwuame la nu sesẽ le Kanaan abe teƒe ɖe sia ɖe ene. Esi wònye Yosef tututue nye dziɖula le Egipte katã, eye wònye eyae le blia dzi kpɔm ta la, eya gbɔe nɔviawo yi, eye wodze klo, de ta agu nɛ. Yosef dze si wo enumake, gake ewɔ abe ɖe menya wo kura o ene. Eblu ɖe wo ta kple biabia sia be, “Afi ka mietso?” Woɖo eŋu be, “Míetso Kanaanyigba dzi; míeva bli ƒle ge.” Togbɔ be Yosef kpɔ nɔviawo dze sii hã la, woawo ya mekpɔe dze sii o. Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.” Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva; nɔviwo mí katã míenye. Nuteƒewɔlawo míenye. Menye ŋkutsalawoe míenye o!” Etee ɖe wo dzi be, “Ɛ̃, ŋkutsalawoe mienye. Mieva be yewoakpɔ ale si nu te mía ŋui la ɖa.” Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.” Yosef yi edzi be, “Nenema? Nu ka esia fia? Efia be ŋkutsalawoe mienye. Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia. Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.” Ale wode wo gaxɔ me ŋkeke etɔ̃. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze. Metsɔe be mienye nuteƒewɔlawo; mia dometɔ ɖeka koe atsi gaxɔ me le afi sia; ame bubuawo atsɔ bli ayi mia de na miaƒe ƒometɔwo. Ke ele be miakplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam be manya nenye nyateƒe tom miele, eye makpɔ nublanui na mi.” Wolɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Vavãe wole to hem na mí ɖe nu si míewɔ ɖe mía nɔvia ŋuti la ta. Míekpɔ ale si wòxaxae esi wònɔ kuku ɖem na mí ɖe eƒe agbe ta, gake míedo tokui, eya tae xaxa sia va mía dzi ɖo.” Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.” Womenya be Yosef se nya siwo gblɔm yewole le esime wòtsi tsitre ɖe wo gbɔ la gɔme o, elabena eƒoa nu na wo to nyagɔmeɖela aɖe dzi. Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume. Emegbe la, Yosef ɖe gbe na eƒe subɔlawo be woade bli ameawo ƒe kotokuwo me, ke egagblɔ na wo le adzame be woatsɔ fe si wo dometɔ ɖe sia ɖe xe la ade eƒe nuɖuɖu dzi le kotokua me! Etsɔ nu si woaɖu le mɔa dzi la hã na wo. Ale wodo agba na woƒe tedziwo, eye wodze aƒemɔ dzi. Ke esi wotɔ ɖe afi aɖe, eye wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotoku be yeaɖe blia ƒe ɖe na tedziawo la, ekpɔ eƒe ga le eƒe kotokua me! Edo ɣli gblɔ na nɔviawo be, “Mikpɔ nam ɖa! Nye gae nye esi le kotokua me!” Vɔvɔ̃ ɖo wo. Wode asi dzodzo me nyanyanya, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu kae nye esi Mawu wɔ na mí?” Ale wova ɖo wo fofo, Yakob gbɔ le Kanaan, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ. Wogblɔ nɛ be, “Fia la ƒe kpeɖeŋutɔ blu ɖe mía ta, eye wòtsɔ mí abe ŋkutsalawo ene. Míegblɔ nɛ be, ‘Gbeɖe, nuteƒewɔlawo míenye, menye ŋkutsalawo míenye o. Míegagblɔ nɛ hã be nɔviŋutsu wuievee míenye, fofo ɖeka ƒe viwo; ɖeka ku, eye suetɔ le mía fofo gbɔ le Kanaanyigba dzi.’ Ŋutsu la gblɔ na mi be, ‘Mɔ si dzi mato anya ne mienye nu si miebe yewonye le nyateƒe me lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye le afi sia, eye miatsɔ bli ayi aƒee na miaƒe ƒometɔwo, gake mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam. Ekema manya nenye ŋkutsalawo mienye loo alo nuteƒewɔlawo mienye. Ne miete ŋu ɖe nu si miebe yewonye fia la, ekema maɖe asi le mia nɔvia ŋu na mi, eye miate ŋu ava aƒle bli le afi sia ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la.’ ” Esi wotrɔ bli la le kotokuawo me la, wokpɔ ga si woxe ɖe blia ta le kotokuawo me! Vɔvɔ̃ ɖo wo kple wo fofo siaa. Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!” Ruben gblɔ na fofoa be, “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe o la, ekema, wu vinye ŋutsuvi eveawo. Makpɔ Benyamin dzi wòanɔ dedie.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Vinye Benyamin mayi kpli mi o, elabena nɔvia Yosef ku, eye Benyamin koe nye dadaa ƒe vi si susɔ. Ne nane wɔe la, ku ko maku.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/43-bfc3774ca40bba348688db52105439c2.mp3?version_id=1613,"Ke dɔwuame sesẽ la nu mebɔbɔ kura le anyigba la dzi o. Esi bli si wotsɔ tso Egipte nɔ vɔvɔm la, wo fofo gblɔ na wo be, “Migayi ne miaƒle nuɖuɖu sue aɖe vɛ na mí.” Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi! Ne míakplɔ mía nɔvi ayii la, ekema míayi aɖaƒle nuɖuɖu vɛ na wò. Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàna Benyamin nayi kpli mí hafi.’ ” Israel fa konyi be, “Nu kae dɔ mi ɖa be miagblɔ nɛ be nɔviŋutsu bubu gale yewo si? Nu ka ta miawɔm alea ɖo?” Wogblɔ nɛ be, “Ŋutsu la bia nya mí tsitotsito tso míaƒe ƒome ŋu. Edi be yeanya ne mía fofo le agbe, eye wòbia be nɔvi bubu gale mía si mahã? Nu sia tae míegblɔe nɛ ɖo. Aleke míate ŋu anya be agblɔ be, ‘Mikplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam’?” Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku. Makpɔ eƒe dedinɔnɔ gbɔ. Ne nyemekplɔe gbɔe na wò o la, ekema na fɔɖiɖi la nanɔ dzinye tegbee. Nenye ɖe nèɖe asi le eŋu nam la, anye ne míede gbɔ xoxo.” Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la. Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae, eye miakplɔ mia nɔvia ayii! Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nave mia nu le ŋutsu la ŋkume, ale be wòaɖe asi le Simeon ŋu, eye wòana Benyamin natrɔ gbɔ. Ne ava eme kokoko be wòaku, eye maxa nu hã la, ekema nenɔ nenema ko faa.” Ale wotsɔ nunanawo kple ga home teƒe eve kpe ɖe Benyamin ŋu yi Egipte, eye wodo ɖe Yosef ŋkume. Esi Yosef kpɔ be wokplɔ Benyamin vɛ la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be, “Ame siawo aɖu nu kplim ŋdɔ sia; kplɔ wo yi aƒe me, eye nàdzra ɖo ɖe kplɔ̃ gã aɖe ɖoɖo ŋu.” Ale aƒedzikpɔla la wɔ nu si wogblɔ nɛ la, eye wòkplɔ wo yi Yosef ƒe fiasã me. Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.” Esi woɖo fiasã la ƒe agbo nu la, wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu, eye wogblɔ nɛ be, “Amegã, esi míeva Egipte va ƒle nuɖuɖu zi gbãtɔ, eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ, kpe ɖe ga si míatsɔ aƒle bli fifia la ŋu. Ale si tututu ga la wɔ hafi ge ɖe míaƒe kotokuwo me la, míenya o.” Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ. Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo. Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma. Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ. Ebia woƒe agbe ta, eye wòbia wo be, “Aleke mia fofo, amegãɖeɖi si ƒe nya miegblɔ nam la le? Egale agbea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele agbe, eye eli nyuie hã.” Wogade ta agu nɛ abe tsã ene. Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.” Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe. Le esia megbe la, efu mo, eye wòdo go. Eɖu eɖokui dzi hegblɔ be, “Mina míaɖu nu.” Yosef ɖeka nɔ kplɔ̃ ŋu, nɔviawo nɔ kplɔ̃ bubu ŋu, eye Egiptetɔwo hã nɔ kplɔ bubu sãa ŋu, elabena Egiptetɔwo doa vlo Hebritɔwo, eye womeɖua nu kpli wo o. Yosef fia teƒe si nɔviawo anɔ le woƒe kplɔ̃ ŋu la wo, eye wòɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Nu sia wɔ nuku na wo ŋutɔ! Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/44-8619aa96eb2734862d3916af4d0e0658.mp3?version_id=1613,"Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me! Egblɔ nɛ hã be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la wɔ ɖe nu siwo Yosef gblɔ nɛ la dzi. Nɔviawo fɔ fɔŋli, eye wodze mɔ kple woƒe tedziawo. Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã? Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ ” Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo nɛ tututu ene. Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ. Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo? Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna mí ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na wò aƒetɔ tegbetegbe.” Aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Enyo nenema, gake ame si fii la koe azu kluvi, eye ame bubuawo ate ŋu adzo faa.” Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu. Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me! Wodze woƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Wogado agba na woƒe tedziwo, eye wogatrɔ yi dua me. Yosef ganɔ eƒe aƒe me esime Yuda kple nɔviawo trɔ va ɖo, eye wodze klo de ta agu nɛ. Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?” Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.” Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.” Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene. “Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã, eye míegblɔ be, ‘Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’ Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’ Ke megblɔ na wò be, ‘Aƒetɔ, ɖevi la mate ŋu adzo le fofoa gbɔ o, elabena eƒe dzodzo ana fofoa naku.’ Ke ègblɔ na mí be, ‘Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.’ Ale míetrɔ yi wò dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si wò nye aƒetɔ gblɔ la nɛ. Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la, míegblɔ be, ‘Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe mɔ na mí míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.’ “Ale mía fofo gblɔ na mí be, ‘Mienya be viŋutsu evee dadaa dzi nam, eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. Ne miegakplɔ nɔvia hã dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.’ Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o, ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli mí o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi yɔ me kple nuxaxa. Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’ Meɖe kuku na wò, na matsi afi sia abe wò kluvi ene ɖe ɖevi la teƒe, eye nàna ɖevi la natrɔ kple nɔvia bubuawo. Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/45-c9e266145bb399ccade9f9a001c54e2a.mp3?version_id=1613,"Yosef magate ŋu aɖu eɖokui dzi azɔ o. Eɖe gbe na eŋumewo katã be, “Ame sia ame nado go.” Ale eya kple nɔviawo koe susɔ. Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake. Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o. Egblɔ na wo be, “Mite va gbɔnye.” Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, “Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte! Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe. Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o. Mawu ɖom ɖe afi sia be mana miawo kple miaƒe ƒometɔwo miatsi agbe, ale be miate ŋu azu dukɔ gã aɖe. “Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula. “Miɖe abla miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ be viwò Yosef be, ‘Mawu ɖom amegãe ɖe Egiptenyigba blibo la dzi. Va gbɔnye fifi laa! Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye. Makpɔ dziwò le afi ma, elabena ƒe atɔ̃ ƒe dɔwuame gale mía ŋgɔ. Ne menye nenema o la, wò kple wò aƒemetɔwo kple ame siwo katã nye tɔwòwo la, miazu dɔwuitɔwo.’ “Miawo ŋutɔ miate ŋu akpɔe, eye nenema ke nɔvinye Benyamin hã, be nye tututue nye ame si le nu ƒom na mi la. “Migblɔ ŋusẽ si le asinye le Egipte kple ale si ame sia ame ɖoa tom la na mía fofo, eye miakplɔe vɛ nam kaba.” Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me. Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu. Nya la ɖo Farao gbɔ be, “Yosef nɔviwo va.” Esi Farao kple eŋumewo se nya sia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. Farao gblɔ na Yosef be, “Gblɔ na nɔviwòwo be woado agba na woƒe tedziwo enumake, atrɔ ayi wo de le Kanaan kaba, eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’ Gblɔ na nɔviwòwo be woatsɔ tasiaɖamwo tso Egipte be woakɔ wo srɔ̃wo kple ɖeviwo, eye woakplɔ wo fofo va afi sia. Migatsi dzi ɖe nu siwo le mia si la ŋu o, elabena Egipte ƒe anyigba nyuitɔ zu mia tɔ.” Yosef tsɔ tasiaɖamwo na Israel ƒe viwo abe ale si Farao gblɔ ene, eye wòtsɔ nu si woaɖu le mɔzɔzɔ me la hã na wo. Etsɔ awu yeyewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ke etsɔ awudodo atɔ̃ kple klosalo alafa atɔ̃ na Benyamin. Ena tedzi ewo tsɔ nu nyui siwo le Egipte la yi na fofoa, eye wògana tedzi ewo bubu tsɔ bli kple nuɖuɖu vovovowo yi nɛ be wòaɖu le mɔa dzi. Ale wòdo mɔ nɔviawo. Nya mamlɛtɔ si Yosef gblɔ na nɔviawo lae nye, “Migawɔ dzre le mɔa dzi o hee!” Ale wodzo le Egipte trɔ yi Kanaanyigba dzi le wo fofo Yakob gbɔ. Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o. Ke esi wogblɔ nya siwo Yosef be woagblɔ nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam siwo me nuɖuɖu si Yosef ɖo ɖee le la, Yakob ƒe dzi ɖo eme azɔ. Israel gblɔ be, “Nyateƒee, vinye Yosef le agbe, mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/46-9f18374df1785a77440283b27ef0208a.mp3?version_id=1613,"Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu. Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.” Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma. Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.” Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte. Wotsɔ woƒe lãwo kple nu siwo katã wokpɔ le Kanaanyigba dzi la ɖe asi yi Egipte. Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte. Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ. Ruben ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron kple Karmi. Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada. Levi ƒe viŋutsuwo: Gerson, Kohat, Merari. Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul. Isaka ƒe viŋutsuwo: Tola, Puva, Yob, Simrɔn. Zebulon ƒe viŋutsuwo: Sered, Elon, Yahlil. Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. Gad ƒe viŋutsuwoe nye: Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli. Aser ƒe viŋutsuwoe nye: Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Beria ƒe viŋutsuwoe nye: Heber kple Malkiel. Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo. Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ: Yosef kple Benyamin. Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la. Benyamin ƒe viŋutsuwo: Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard. Woawoe nye viŋutsu siwo Rahel dzi na Yakob; wo katã le ame wuiene. Dan ƒe viŋutsue nye: Husim. Naftali ƒe viŋutsuwoe nye: Yaziel, Guni, Yezer kple Silem. Esiawoe nye Bilha, kosi si Laban tsɔ na via nyɔnu Rahel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob—wo katã le ame adre. Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade. Ne Yosef ƒe viŋutsu eveawo kpee la, Yakob ƒe aƒemetɔwo de blaadre le Egipte. Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen. Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe. Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.” Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim. Mana wòanya be, ‘Ame siawo nye alẽkplɔlawo. Wova kple woƒe lãwo kple nu siwo katã le wo si la.’ Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la, migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/47-6123b13fc2729918c5d421bd79d77053.mp3?version_id=1613,"Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.” Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao. Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?” Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene. Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.” Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò, eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.” Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao. Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?” Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.” Yakob gayra Farao hafi dzo. Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene. Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu. Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa. Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe. Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.” Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.” Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ. Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo. Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.” Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ. Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao. Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o. Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble. Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.” Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.” Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o. Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu. Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku. Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o. Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia. Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/48-782a99e3e2a8c1ffdd02f6228a680b54.mp3?version_id=1613,"Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu nɔ sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa. Eye wogblɔ na Yakob bena, “Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò.” Tete Israel do ŋusẽ nu fɔ henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe nɛ, eye wògblɔ na Yosef be, “Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram. Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’ Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene. Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye wò ŋutɔ tɔ, eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le wò ŋutɔ wò nuwo gome. Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem). Israel lé ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, “Ŋutsuviawoe nye esiawoa?” Yosef ɖo eŋu be, “Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte.” Israel gblɔ be, “Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo.” Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo. Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.” Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi. Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu. Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi nɔ Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi nɔ Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi. Eyra Yosef kple nya siawo be, “Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu, ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me la nayra ŋutsuvi siawo nukutɔe. Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.” Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ tɔ dzi. Egblɔ be, “Ao, fofonye, ètsɔ wò nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da wò nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!” Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.” Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’ ” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase. Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi. Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati xɔ le Amoritɔwo si la na wò ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye wò gome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/49-6ccef7bc605b5666b944f35d46da9086.mp3?version_id=1613,"Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi. Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo. “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu. Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m. “Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ. Wonye ame siwo wɔa sesẽnu kple nu madzɔmadzɔ. O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu. Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o. Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me, eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene. Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe, elabena enu sesẽ, eye wòvɔ̃ɖi. Mama wo ɖe Yakob ƒe viwo dome, eye makaka woƒe dzidzimeviwo le Israel. “Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò. Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe? Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu. Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu, eye wònya eƒe awuwo le wain me. Eƒe ŋkuwo biã wu wain, eye eƒe aɖuwo fu wu notsi. “Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe. Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon. “Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si le dzudzɔm le lãkpowo dome. Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna kple ale si anyigba la nyoe la, elɔ̃ dze dɔ la dzi, eye wòsubɔ eƒe aƒetɔ kple ŋusẽ. “Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene. Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi, eye sɔdola dzea anyi la. Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na. “Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi, ke eya anya wo ɖe du nu. “Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu. “Naftali nye zinɔ si ɖea abla, eye wògblɔa nya viviwo la. “Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi. Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii. Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ eye eƒe asi le tsɔtsɔm elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ, wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo nawɔ na wò fũu, eye wòatsɔ yayra siwo ade kekeke togbɛ siwo anɔ anyi tegbee ƒe liƒowo dzi la na wò. Yayra siawoe ava Yosef, ame si woɖe aboyoe le nɔviawo dome la dzi. “Benyamin nye amegaxi si léa nu. Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi, eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.” Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi. Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi, ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu. Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo. Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.” Esi Yakob wu eƒe nyagblɔɖiawo na viawo nu la, emlɔ anyi azɔ ɖe eƒe abati dzi, eye wòku." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GEN/50-dae47271e227e6578c361c5b34ab4092.mp3?version_id=1613,"Yosef tsɔ eɖokui ƒu fofoa ƒe kukua dzi, fa avi ɖe edzi, eye wògbugbɔ nu nɛ. Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ. Atikesisi la xɔ ŋkeke blaene, eye Egipte dukɔ blibo la ƒe konyifafa xɔ ŋkeke blaadre. Esi konyifaɣi la va yi la, Yosef te ɖe Farao ŋumewo ŋu, eye wòɖe kuku na wo be woaƒo nu na Farao na ye. Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.” Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.” Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo kple Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo. Ke wogblẽ wo vi suewo kple woƒe lãwo ɖe Gosenyigba dzi. Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii. Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta. Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.” Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la. Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me. Yosef trɔ va Egipte kple nɔviawo kpakple ame siwo katã yi wo fofo ƒe kuteƒe la. Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me. Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.” Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku. ‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi. Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.” Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia? Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe. Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo. Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku. Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu. Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.” Emegbe Yosef na Israel ƒe viwo ka atam nɛ be, “Mawu akpe ɖe mia ŋu be miatsɔ nye kukua tso afi sia ayi Kanaan.” Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HAB/1-a93e610251df939421e63d433d0ad1cd.mp3?version_id=1613,"Esiae nye gbedeasi si va na Nyagblɔɖila Habakuk. O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam? Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o. Nu ka ta medo ɣli be: “Ŋutasesẽ le edzi yim” gake mèɖo xɔname ɖa o. Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ? Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm. Ŋusẽ megale se la si o eye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo elabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo. Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi. Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o. Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te; dukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe; ame siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be woaxɔ nɔƒe siwo menye wo tɔ o. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu; wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu; wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi. Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle, eye wonyrana wu amegaxi le zã me. Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ; ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o. Wosaa agba le futɔwo dzi abe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene. Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu. Woƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo kple dzo sesẽ le dzogbe ene, ne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene. Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti eye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti. Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua! Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene gake woƒe nu vɔ̃ do agba ɖe wo dzi elabena wotsɔ woƒe ŋusẽ wɔ woƒe mawue.” O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa? Nye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o. O Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu mí. O Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na mí. Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi o eye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ hã o; ke nu ka tae nèɖe mɔ wole nu tovo wɔm? Nu ka ta nèzi kpi ame vɔ̃ɖiwo mi ame siwo le dzɔdzɔe wu wo? Èwɔ amewo le abe lã siwo le atsiaƒu me kple nu gbagbe siwo le atsiaƒu me kplɔla meli na o ene. Futɔ vɔ̃ɖi la ɖe wo katã ɖe go kple ƒu. Eda ɖɔ na wo eye wòɖe wo ɖe eƒe ɖɔ me eya tae wòle dzidzɔ kpɔm, le aseye tsom ɖo. Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu, elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme. Ɖe nàɖe mɔ be woanɔ ɖɔdada dzi ahatsrɔ̃ dukɔwo nublanuimakpɔtɔea?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HAB/2-c05fdd0bfa7e1ce4209d608b75808079.mp3?version_id=1613,"Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui. Yehowa ɖo eŋu nam be: “Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi. Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe. Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o. “Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me. Gawu la, wain ɖe hae, edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui eye wòdo kluvi amewo katã. “Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: “ ‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’ Ɖe wò fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata, ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na wò oa? Ekema àva zu woƒe nuhaha. Esi mieha dukɔ geɖewo ta la ame siwo susɔ la aha miawo hã elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo, duwo kple ame siwo le wo me. “Baba na ame si tu sã to amebaba me, ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu. Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe. Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ. “Baba na mi, mi ame siwo wu amewo eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui. Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa? Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene. “Baba na ame si na aha ehavi wòno eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime wòmu be yeakpɔ eƒe amame. Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi. Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba kple duwo kple wo me nɔlawo katã. “Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o. Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ gake agbegbɔgbɔ mele eme o.” Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HAB/3-4c4536cd398e5c642e3e68cbb8a835c7.mp3?version_id=1613,"Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti. O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo! Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me. Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me. Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi. Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi! Eƒe ŋutikɔkɔe nɔ abe agudzedze ene eye keklẽ gã aɖe do tso eƒe asi me, afi si eƒe ŋusẽ be ɖo. Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome. Etɔ eye wòʋuʋu anyigba; ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu. Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme. Eƒe mɔwo li tegbee. Mekpɔ Kusam ƒe agbadɔwo le xaxa me eye Midiantɔwo ƒe nɔƒewo le nublanui me. O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua? Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua? Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea? Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. Sela. Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae. Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese. Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe eye woƒe tsotsoewo de dzi. Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia. Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku. Ke èdo be yeaɖe wò amewo eye yeaxɔ na wò amesiamina. Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela. Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene. Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la. Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa; nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa. Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be wòava dukɔ si le mía ham la dzi. Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la, nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me. Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ. Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/1-1dca8ff7214e13857564a266ff24043f.mp3?version_id=1613,"Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi: Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo, Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar, Perez dzi Hezron, Hezron hã dzi Ram, Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Naheson, Nahson dzi Salmon, Salmon hã dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut. Obed dzi Yese. Yese dzi Fia David, David dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ. Solomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa. Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia, Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia, Hezekia dzi Manase, Manase dzi Amon, Amon dzi Yosia. Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia. Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel, Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ. Azɔ dzi Zadok, Zadok dzi Akim, Akim dzi Elihud, Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakob, eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃. Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene. Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame. Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.” Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, “Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”). Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/2-2498c07ceaddc0e6bed92ae124536cd5.mp3?version_id=1613,"Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be, “Afi ka Yudatɔwo ƒe fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe ke, ale míeva be míasubɔe.” Esi Fia Herod se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo. Esia ta Fia Herod yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu, eye wòbia du si me woadzi Kristo le la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Woadzi Kristo la le Betlehem le Yudea, elabena nenema woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi bena, “ ‘O, wò Betlehem, le Yudanyigba dzi, menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, elabena wò mee fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado atso.’ ” Esia megbe la, Herod dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa, eye wòbia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye, eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia be, “Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!” Esi wose fia la ƒe nya la, wogayi woƒe mɔzɔzɔ dzi, eye ɣletivi si wokpɔ le ɣedzeƒe la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe aƒe si me ɖevi la le la tame. Ke esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ. Eye esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena womagatrɔ ayi Herod gbɔ o la, woto mɔ bubu yi wo de. Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ be, “Tso kpla nàkplɔ ɖevi la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò, elabena Fia Herod le ɖevi la di ge be yeawu.” Esia ta Yosef fɔ enumake, eye wòkplɔ ɖevi la kple dadaa le zã ma me ke hesi dzo yi Egipte, eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herod ku. Ale wowu nya si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu be, “Egipte meyɔ vinye la tsoe.” Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu. Ale wowu nya si wogblɔ ɖi to Nyagblɔɖila Yeremia dzi la nu be, “Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi le viawo ta, eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo megali o.” Esi Herod ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte. Egblɔ nɛ be, “Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa atrɔ ayi Israelnyigba dzi, elabena ame siwo le ɖevi la ƒe agbe yome tim la ku!” Ale Yosef tso enumake, eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israelnyigba dzi. Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herod teƒe la, evɔ̃ na afi ma yiyi. Ke esi wogbe nya nɛ le drɔ̃eƒe ta la, eyi Galilea nutowo me, eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/3-be7c7920a6b30ae2e6cab5e679c9e0c9.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke mawo me la, Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo.” Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo, eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ” Ke kposɔfu le Yohanes ƒe awu si wòdo la ŋu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii; eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. Ame geɖewo tso Yerusalem, eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nutowo me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe. Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me. Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la, egblɔ na wo be, “Mi dawo ƒe dzidzimeviwo! Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu? Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã. Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham. Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me. “Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi. Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.” Le ɣe ma ɣi me la, Yesu hã tso le Galilea va Yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye, gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o, ke boŋ egblɔ nɛ be, “Medze be nye made mawutsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde mawutsi ta na.” Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ. Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/4-fa19c038d010d871959fab2c749bc021.mp3?version_id=1613,"Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ. Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie. Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ” Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena: “ ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ” Yesu gagblɔ nɛ be, “Woŋlɔ da ɖi hã be, mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.” Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae. Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.” Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ” Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe. Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea, ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me. Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be, “Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo, va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea, miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã, gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.” Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!” Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.” Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo. Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome. Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake. Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me. Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã. Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/5-50804250e57a5a24d0eb48c56a1261a6.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe, henɔ anyi eye eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo be, “Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi. Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi! Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo fa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome. Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo le nublanui kpɔm na amewo, elabena miawoe woakpɔ nublanui na. Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu. Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo léa avu la, elabena miawoe woayɔ be Mawu ƒe viwo. Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena miawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye. Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye, elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti Nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã yomee. “Miawoe nye anyigba la ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye ɖe, nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖeko woatsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi. “Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o. Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.” “Mise eme nyuie be, menye ɖe meva be mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ ge meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu, eye mafia woƒe nyateƒenyenye. Vavã mele egblɔm na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le se la me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu, eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!” “Miese wogblɔ na blematɔwo be, ‘Mègawu ame o, eye ame si awu ame la adze na ʋɔnudɔdrɔ̃.’ Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me. “Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la, gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi aɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu. “Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ. Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi la, eye pesewa afã hã masusɔ o.” “Miese wogblɔ be, ‘Megawɔ ahasi o,’ gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe, elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.” “Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’ Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.” “Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘Mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi,’ gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe. Eye ne èta Anyigba la, edze agɔ ake, elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o, elabena Yerusalem nye Fiagã la ƒe du. Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o. Kpuie ko la, mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ‘Ɛ̃’, eye ‘O’ nanye ‘O’; nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.” “Miese wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo. Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui, be yeaxɔ wò awutewui la, na wòaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu. Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve. Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o. “Miese wogblɔ be, ‘Lɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ.’ Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi. Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui ka miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/6-ff6f78cad2ef105aeeda964b86b73699.mp3?version_id=1613,"“Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o. “Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi. “Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò. Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta. Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiã mi la gɔ̃ hafi miebianɛ. “Ale si miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Mía Fofo si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene. Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi. Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ kea, ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene. Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’ Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã. Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o. “Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo. Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi. “Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o, ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le, eye fiafitɔwo megbãa ʋɔ hefia nu le la o. Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ. “Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti. Ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, aleke gbegbe viviti la asẽ ŋui! “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o. “Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? “Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo? Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/7-7478c1e3c41cf8cecdd2065b3ff603ee.mp3?version_id=1613,"“Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã, elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe, eye dzidzenu si ŋu dɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋu dɔ woawɔ atsɔ adzidze nu na wò hã. “Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã? Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefi le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la. “Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya avuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu, eye woavuvu mi. “Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi. “Mia dometɔ kae li nenye be Via ŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe nɛ? Alo nenye be ebia tɔmelãe la, wòatsɔ dalã nɛ? Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa? Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu mawo ke na ame bubuwo hã, elabena esiae nye Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya. “Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadzaa, eye wòkplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. Ke agbo si le xaxɛe, mɔ la hã le buie la kplɔa amewo yina ɖe agbe me, eye ame ʋɛ aɖewo koe toa mɔ sia. “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le wo me la, wonye amegaxi nyanyrawo. Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ. Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me, eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. “Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’ Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’  “Ame sia ame si sea nye nya, eye wòwɔna ɖe edzi la le abe nunyala si tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi. Gake ame si sea nye nyawo, eye metsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.” Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/8-f7cd3a88453920be8a4f530f5761118b.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo. Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.” Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake. Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒe me, eye wòle vevesese gã aɖe me.” Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.” Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒe me o, eye mehiã be nàva hã o. Ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla la ƒe lãme nasẽ. Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii,’ eye woyina, ‘Miva afii,’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ,’ eye wòwɔnɛ.” Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o. Mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso xexea me ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob. Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra fiaɖuƒe la ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.” Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã la ŋu hegblɔ nɛ be, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ. Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒe aƒe me la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza lém. Yesu ka asi eƒe asi ŋu, eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso, eye wòsubɔe. Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔ, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la, gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ. Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.” Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi. Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.” Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.” Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. Kasia ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!” Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi. Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe mahã?” Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o. Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?” Le ɣe ma ɣi me la, aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la, na míayi aɖage ɖe ha mawo me.” Yesu gblɔ na wo be, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me ɖage ɖe haawo me; enumake haawo katã ƒu du sesĩe ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo, eye wono tsi ku. Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me, eye wogblɔ nu si dzɔ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃ do go le la ƒe nyawo na dua me tɔwo. Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe anyigba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/9-2fb3820208d882fc4f72bb0719c44ff6.mp3?version_id=1613,"Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me. Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.” Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’ ” Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!” Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me. Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ! Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome. Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla bubuwo hã nɔ ame kpekpeawo dome. Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?” Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe. Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.” Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?” Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ. “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.” Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake. Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, elabena egblɔ le eɖokui me be, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ.” Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ. Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim. Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe. Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ. Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.” Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.” Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, “Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene.” Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me. Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye metea ŋu ƒoa nu o la vɛ nɛ. Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o. Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, “Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.” Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/10-dcc44519fdfbfaaa9931885f71cb111f.mp3?version_id=1613,"Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi. Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si woyɔna hã be Petro) kple nɔvia Andrea, Yakobo kple nɔvia Yohanes, ame siwo nye Zebedeo ƒe viwo, Filipo kple Bartolomeo; Toma kple Mateo, si nye nudzɔla; Yakobo, Alfeo ƒe vi, kple Tadeo; Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi. Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kple gbedeasi sia be, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o, ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo la ko gbɔ. Miyi miagblɔ na wo be dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ. Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene! “Migatsɔ ga aɖeke de miaƒe gabusuwo me na miaƒe mɔzɔzɔ o, migatsɔ mɔzɔkotoku kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu. Nenye be miege ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi mawuvɔ̃la aɖe mianɔ eƒe aƒe me va se ɖe esime miadzo ayi du bubu me. Nenye be miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na ameawo, eye miabia dzeƒe ɖokuibɔbɔtɔe. Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne womele nenema o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi. Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o, eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo. Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoranyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ame siawo ƒomevi. “Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrawo dome. Midze aye abe dawo ene, eye midza abe akpakpawo ene. Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi, adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo. Ɛ̃, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ƒe ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi be miagblɔ nyanyui la na wo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã. “Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnu la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me. Elabena menye miawo ŋutɔe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒo ge to mia dzi. “Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me. Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe. “Nenye be woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me! Vavã mele egblɔm na mi bena, nye Amegbetɔ Vi, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu. Minyae be sukuvi menyaa nu wu eƒe nufiala o. Nenema ke subɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la, eƒe sukuvi la hã dzi wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme, eye esi wònye be woyɔ nye, Aƒea dzi kpɔla be Belzebul ɖe, aleke woayɔ miawoe? “Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o, elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe adzameɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe, eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii. “Nya siwo gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔ wo le kekeli me. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe le xɔwo tame. “Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me. Nenie nye akpakpa ɖeka ƒe home? Menye sidi ɖeka pɛ koe oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si dzena ɖe anyigba dzi si mia Fofo la mekpɔna o. Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu, eya ta migavɔ̃ o; miawo la, miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo. “Ame sia ame si aʋu menye le dutoƒo la, nye hã maʋu eme le Fofo la gbɔ le dziƒo. Ke ne ame aɖe gbe nu le gbɔnye le dutoƒo la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye gbɔ le dziƒo. “Migabu xaa be meva be mahe ŋutifafa va anyigba dzi o. Nyemeva be mahe ŋutifafa vɛ o, ke boŋ yi metsɔ vɛ, elabena meva be mana, “ ‘ŋutsu natso ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu, eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’ “Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la, ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o. Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la, eya hã medze anye tɔnye o. “Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui, ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua. “Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la, nyee wòxɔ, eye ne ame aɖe xɔm la, exɔ Mawu si dɔm ɖa la. Nenye be miexɔ Nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana Nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le woƒe dzadzɛnyenye ta la, woana fetu si woana woawo hã mi. Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/11-0b7ca2c909747e4cae08735e3e13ad6f.mp3?version_id=1613,"Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim abe ale si wòɖoe da ɖi ene. Yohanes, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Kristo la nɔ wɔwɔm. Esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, “Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?” Wova bia nya sia Yesu, eye wòɖo eŋu na wo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miese kple nu si miekpɔ la fia Yohanes bena, ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ” Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma? Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me. Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã, Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’ Enye nyateƒe be le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒe la me la kɔ wu eya amea! Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe, eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham. Elabena Se la kple Nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔe da ɖi, eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be Yohanes ye nye Eliya, ame si Nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ la. Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ! “Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo sɔ kple ɖevi siwo le fefe fem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be, “ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’ Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.” Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu, elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o. Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me. Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sidon kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi! Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe. Ke mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodomnyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu wò.” Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ!” Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.” “Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme, elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/12-f27efbf0b6c273d518fef10ee38ef18b.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Dzudzɔgbe ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣe ma ɣi, eya ta woŋe bli aɖewo, eye woklẽ wo heɖu. Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ be, “Wò nusrɔ̃lawo wɔ nu siwo mele se nu o la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.” Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa? Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si mele se nu be woaɖu o, negbe nunɔlawo ko naɖu la. Miexlẽe le Mose ƒe Segbalẽ la me kpɔ be nunɔla siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la gblẽa Dzudzɔgbe ŋkeke ƒe kɔ la me le gbedoxɔ me gake nu vɔ̃ mele wo ŋu oa? Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia! Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ, ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la, anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o, elabena Amegbetɔ Vi la nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.” Esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie wu alẽ tɔ oa? Eya ta ele se nu vavã be woawɔ dɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.” Azɔ egblɔ na ame si tsitsi lé asi na la be, “Dzɔ wò asi,” eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene. Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe be yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti. Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu. Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o. Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti la nu be, “Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia, ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le, matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo. Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o! Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mamlɛtɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu, eye eƒe ŋkɔ anye xexea me katã ƒe mɔkpɔkpɔ.” Azɔ wokplɔ ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe, eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã. Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David ƒe Vi la?” Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.” Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã? Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. “Gawu la, aleke ame awɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe aƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi o? Ele nɛ be wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. Misee be ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la, eyae kanɛ hlẽna. “Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunyagbɔgblɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ya la, womatsɔe ake o. Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o. “Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo. Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me. Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana. Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eya ta minyae be nya si ado tso miaƒe nu me fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.” Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.” Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Dzidzime vɔ̃ɖi si wɔa ahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu Nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o, elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o. Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Solomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ be yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ la, ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome. “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ.’ Ne etrɔ va la, ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie, eye nu sia nu le ɖoɖo nu. Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la kpena ɖe eɖokui ŋu, wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã. Alea tututu wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.” Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le aƒea godo le didim be yewoaƒo nu kpli wò.” Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye, eye ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?” Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ be, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo.” Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinye ŋutsu kple nɔvinye nyɔnu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/13-5df0a5ef0c48f6c9d71de4453445e541.mp3?version_id=1613,"Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me, eye wòyi ɖe ƒua dzi vie nɔ anyi, ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta. Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge. Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi. Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o. Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku. Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ dzi, eye womie, tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa. Ame si to senu li na la nesee.” Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Nu ka ta ɣe sia ɣi ko nènɔa nu fiam amewo to lododo me ɖo?” Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o. Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu. Nu sia tae metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be; “Togbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la, womakpɔe adze sii o, eye woanɔ esem, gake womase egɔme o. Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be, “ ‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o, Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o. Elabena ame siawo ƒe dziwo ku atri; woƒe towo hã mesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, woakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, ase nu kple woƒe towo, ase nu gɔme kple woƒe dziwo, woatrɔ ɖe ŋunye eye mayɔ dɔ wo.’ Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu kple miaƒe towo hã elabena wosea nu. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, nyagblɔɖila geɖewo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele la, gake womete ŋui o. “Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye esi! Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me. Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la, eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ, gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna. Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la, gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o. Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la, eye wòsea egɔme, eye eya hã ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vaa dziƒofiaɖuƒe la mee.” Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene, ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome. Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo. “Agbleatɔ ƒe dɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?’ “Agbletɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’ “Dɔlawo biae be, ‘Ekema mího gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’ “Eɖo eŋu na wo be, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku vɔ̃awo la, miaho blia hã, eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo, atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’ ” Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba ƒe tu me ene. Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.” Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.” Yesu wɔa lododo ŋu dɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo; ne ele nu ƒom na wo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, elabena woawu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la nu be, “Maƒo nu to lododowo me, eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke la gɔme.” Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo, eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be, “Ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti la gɔme na mí.” Egblɔ na wo be, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me la. Agble lae nye xexea me, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖiwoe nye dzimaxɔsetɔwo. Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo. “Le lododo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga, eye wotɔ dzo wo; nenema ke wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu. Madɔ nye dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me; woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ. Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Ame si to senu li na la nese nya siawo. “Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi la be yeakpɔ ga atsɔ aƒle anyigba sia kple kesinɔnu la katã. “Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra la. Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ, eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la, eye wòƒle dzonu sia. “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔ me, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa la. Esi wòhe asabu la va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe teƒe ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe. Alea tututu wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu hã. Mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.” Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míese wo gɔme.” Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.” Esi Yesu wu lododo siawo nu la, edzo le afi ma. Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã? Ɖe menye eyae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria, eye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa? Ɖe nɔvia nyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃ ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?” Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu Nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dedu me kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me ko.” Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/14-bee3abd560e2eda0f3eddca6bc109082.mp3?version_id=1613,"Fia Herod se Yesu ŋkɔ ale wògblɔ na eƒe amewo be, “Edze ƒãa be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya ta wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm ɖo.” Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta, elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. Herod di be yeawu Yohanes, gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila. Gbe ɖeka la, Herod nɔ dzigbezã ɖum, eye Herod ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le ame kpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nya kpɔ na Herod ŋutɔ, eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. Nyɔnuvia bia nu si wòabia la dadaa. Dadaa gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.” Nya sia te ɖe fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe ame kpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu akɔ vɛ. Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvi la, eye wòkɔe yi na dadaa. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la, eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. Emegbe la, woyi ɖaka nya la ta na Yesu. Esi Yesu se nya sia la, eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae la, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ dze eyome. Ale esi wotrɔ va ƒua ta la, ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta eda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu. Esi zã nɔ dodom la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Afi sia la, gbedzie; naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽnuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mehiã be woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!” Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ be, “Nu ka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!” Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ wo vɛ.” Azɔ ebia tso ameha la si be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve la, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe wo dzi. Emegbe la, eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie, eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la, woyɔ kusi wuieve sɔŋ. Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃ (5,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o. Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me. Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ teƒe sia va se ɖe fiẽ me, ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam, elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem. Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Tete wodo ɣli be, “Ŋɔlie.” Yesu ƒo nu na wo enumake, eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ be, “Nyee, migavɔ̃ o; miaƒe dzi nedze eme.” Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyram la, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wode asi toyiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!” Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?” Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaƒoƒo la tɔ zi ɖeka. Nusrɔ̃la mamlɛa siwo le tɔdziʋua me la dze klo nɛ hegblɔ nɛ be, “Mawu ƒe Vie nènye vavã!” Azɔ wotso ƒu la va do ɖe Genesaretnyigba la dzi. Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo kpɔ Yesu dze sii, eye wonɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu. Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/15-20e9664012bc819de536a91af85f8f1e.mp3?version_id=1613,"Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu. Wobiae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blemakɔnuwo dzi o ɖo? Womewɔa kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’ Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la, megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be, “ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la, eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ” Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie. Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.” Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔ me na Farisitɔwo ŋutɔa?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke. Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.” Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo. Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa? Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa? Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame. Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona. Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnu hafi ɖu nu o la, maƒo ɖi wò o!” Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.” Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.” Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.” Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!” Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ. Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ, eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi. Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã. Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la. Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?” Yesu gabia wo be, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ.” Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu. Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o. Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòge ɖe ʋu la me, tso ƒua heyi Magadan nutoa me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/16-3165e683b7d8bb609ed72f7ec9462558.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va be yewoado Yesu kpɔ; wobia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo. Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la, nenye be fiẽ ɖo la, miegblɔna be, ‘Yame akɔ, elabena yame biã,’ eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o. Dzidzime vɔ̃ɖi, ahasitɔ sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo. Wogatso ƒu la yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be, yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o. Yesu xlɔ̃ nu wo vevie gblɔ be, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.” Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo. Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo? Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa? Esi menyi ame akpe ene (4,000) ɖe, mieɖo ŋku edzi kple abolo gbogbo si susɔ míelɔ ɖe kusi me o mahã? Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ ” Ke azɔ la, wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la. Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔ Vi la nye mahã?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.” Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?” Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o. Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.” Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Kristo la o. Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe. Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò; nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!” Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.” Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme, elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe, eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu faa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ. Viɖe ka wòanye na mi nenye be xexea me katã zu mia tɔ, gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si asɔ kple agbe mavɔ? Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu. “Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/17-8acbc547f4f26bb43814812660c11cbb.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii. Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.” Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.” Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃. Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.” Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ. Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi. Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava. Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.” Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le. Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.” Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.” Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake. Esia megbe la, nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o mahã?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [ Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o, negbe ɖe miedo gbe ɖa hetsi nu dɔ hafi.]” Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa. Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?” Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.” Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/18-901797b423d7d6a9f90676e3bdd70707.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?” Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume. Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ. Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ. “Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la! Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lalɛ̃ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me. “Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o, elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ƒe ŋkume le dziƒo ɣe sia ɣi. [ Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.] “Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa? Vavã mele egblɔm na mi bena nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo le dedie le aƒe la oa? Nenema ke menye Fofonye si le dziƒo ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o. “Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò. Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene. “Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo. “Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi. Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.” Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre.” Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la. Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae. “Ke dɔla la dze klo ɖe fia la ƒe akɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fe la katã na wò emegbe.’ Dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee. “Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’ “Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’ “Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti, eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fe la katã nɛ. Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la. “Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, ‘Wò, dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam. Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’ Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie, eye wòna wodee gaxɔ me, afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã hã masusɔ o. “Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/19-76874000088ec057ef69833e3c1c0948.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea, eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va Yudea nutowo me. Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu. Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?” Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo ŋutsu kple nyɔnu o mahã? Eya ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.” Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a, eye wòagbee mahã?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo, elabena miaƒe dzi me sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o, eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a, eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o, ke boŋ le susu bubu aɖe ta, eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, ewɔ ahasi.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la, anyo wu be ŋutsu maɖe srɔ̃ o.” Yesu gblɔ na wo be, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko, elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme; ame bubuwo la, ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.” Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔ be wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o. Gake Yesu gblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi, eye wòyra wo hafi dzo. Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia be, “Nufiala, nu nyui ka mawɔ be manyi agbe mavɔ ƒe dome mahã?” Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.” Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; megafi fi o; mègada alakpa o; bu fofowò kple dawò; lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!” Ɖekakpui la gblɔ nɛ be, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?” Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.” Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe. Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ be woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku, eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?” Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.” Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu ka míakpɔ?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔviŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka (100), eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome. Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/20-301a31ef9217873972f8c0b2a9d81964.mp3?version_id=1613,"Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me. Eƒo asi kple apaɖilawo, eye wolɔ̃ be wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi waingble la me ɖadze dɔa gɔme. “Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le asi me siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o. Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu. Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke. “Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’ “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’ “Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi. Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe. Esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ, gake kpao; ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã. “Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔ la ŋu vevie gblɔ be, ‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’ “Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa? Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame. Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’ Esia ta gbãtɔwo azu mamlɛtɔwo eye mamlɛtɔwo azu gbãtɔwo.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi wole mɔa dzi la, eɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo, hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo. Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam. Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.” Eva eme be Zebedeo ƒe vi eveawo dada va Yesu gbɔ, dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be wòawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye. Yesu biae be, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.” Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.” Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la. Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzi. Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla, eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi. Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.” Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!” Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.” Yesu tɔ, eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu ka miedi be mawɔ na mi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.” Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/21-0b7033e9f739d69b15b233a7e9612c74.mp3?version_id=1613,"Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amito la ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ. Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ ” Wowɔ esia be woawu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke la nu be, “Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la be, ‘Wò Fia la gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi si nye dɔwɔlã!’ ” Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi, eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe tedziawo dzi, eye Yesu nɔ wo dzi. Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ; bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!” Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?” Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, Nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.” Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã. Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me, gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ. Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be, “ ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?” Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ. Esi ŋu ke, eye Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi. Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu. Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, ne xɔse vavã le mia si, eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃ hã. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ hã be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake. Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.” Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi. Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’ Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.” Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.” Azɔ Yesu yi edzi gblɔ be, “Aleke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’ “Ɖevi la ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, etrɔ eƒe susu, eye wòyi agble la me ɖawɔ dɔ la. “Fofoa va ɖevitɔ hã gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòawɔ nenema. Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi.’ Ke egbe meyi o. “Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Wogblɔ bena, “Gbãtɔ lae.” Azɔ Yesu ɖe lododo la gɔme na wo be, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe mawufiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi, elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ. “Miɖo to miase lododo sia ɖa. Agbledela aɖe de waingble gã aɖe, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agble la ŋu dzɔla, eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme, ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me. “Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye. Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia. “Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu geɖewo ɖa, gake wowɔ fu woawo hã abe ame dɔdɔ gbãtɔwo ene. Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ Via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu, elabena enye via. “Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ” Ale wohe agbletɔ la ƒe vi la do goe le agble la me, eye wowui. Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nu ka miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?” Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.” Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’? “Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.” Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo. Esia ta wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi, elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye Nyagblɔɖila." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/22-315984c370ba089a6a42ee89cf2a6ddb.mp3?version_id=1613,"Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be, “Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu, eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava, elabena ɣeyiɣi la ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpeawo katã gbe womeva o. Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Mewu nye nyitsu kple lã damiwo, nuɖuɖu la bi, eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla va.’ “Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la, ɖeko woko nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge; ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe. Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu, ƒo wo vevie, eye woɖi gbɔ̃ ɖewo gɔ̃ hã. “Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ. Esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkeke la ɖuɖu, gake ame siwo mekpe la medze na bubu si mede wo ŋu o, eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃ la ŋuti.’ “Dɔlawo wɔ ɖe nya sia dzi, eye eteƒe medidi o, wokplɔ amewo vɛ fũu, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃ la ŋu yɔ fũu kple amewo. Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o. “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o. “Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’ “Elabena woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo wotia.” Esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta, eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu, alée la ŋu. Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o. Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?” Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia? Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. Azɔ ebia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi, eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.” Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa, elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea, eya ta wogblẽe ɖi hedzo. Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo, ame siwo mexɔe se be ame kukuwo atsi tsitre le nuwuwua o la va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, Mose de se na mí be ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosi la, eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbe la ƒe dome. Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi kple nyɔnu la hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosi la ɖe. Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosi la ɖe, gake kpao, eya hã ku vimadzimadzii. Ale nɔviŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii o. Mlɔeba la, nyɔnu la ŋutɔ hã va ku. Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsiŋkeke la dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o. Le tsitretsitsiŋkeke la dzi la, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be, ‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.” Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ. Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu, eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebiae be, “Nufiala, se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò susu katã. Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu. Esi gakplɔe ɖo lae nye be, nàlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. Wotu se bubuawo katã kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.” Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe, eye wòbia wo be, “Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!” Yesu gabia wo be, “Ne enye David ƒe vi ɖe, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, wòyɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be David gblɔ be, “ ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.” ’ Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?” Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/23-5f5172ec03160e6c3ee96c6f4cd7b61b.mp3?version_id=1613,"Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be, “Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi, eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o. Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o. “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo. Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ. “Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo. Migana hã be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la. Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ. Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi. “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o. [ “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!] “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ. “Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la, medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’ Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea? Miawo kee gblɔ be, ‘Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.’ Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa? Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi, eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la. Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la. “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o. Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya. “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi. Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo hã aɖi nyuie. “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo. Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi. “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo, eye miegblɔ be, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o’ Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu. “Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ. Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi. Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi. “O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o. Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/24-f3fa6ca0e80005b324b703989643c9e2.mp3?version_id=1613,"Yesu do go le gbedoxɔ la me hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womagblẽ kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o; woagbã nu sia nu aƒu anyi.” Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o, elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo. Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o. Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo. Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko. “Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã. Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie. Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ. Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi. Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee. Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.” “Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme, ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o. Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o. “Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me. Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi. “Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme. Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo! “Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o! Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ. Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.” “Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’ “Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me, eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi. “Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe. Vavã mele egblɔm na mi be dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme. “Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa. Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko. “Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi. “Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi. Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi. “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o. “Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava. Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o. “Azɔ minye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi. Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ nye subɔlawo miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ. Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu. “Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’ ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la, miaƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si miele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si mienya o la dzi, eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/25-157267f6f3e5b1fa02b0e40b0d32d8de.mp3?version_id=1613,"Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo. Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃. “Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’ “Ɖetugbiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, ‘Mina miaƒe ami la ƒe ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.’ “Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’ “Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la. “Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be, ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’ “Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’ “Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o. “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi la. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsam va se ɖe esime yeagbɔ. “Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi. Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. Ame si xɔ sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi. “Ke ame si xɔ sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do ɖe anyigba, eye wòtsɔ eƒe Aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie. “Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo vɛ nɛ. “Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!’ “Ame si xɔ sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’ “Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee nye ema nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋu dɔ wɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’ “Ame si xɔ sidi akpe ɖeka la hã va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, menya be wò nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o, ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la, àxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla ɖe to, eye esi nèva la, mehee ɖe go. Eyae nye esi.’ “Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye, eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o, eye esi nènya hã be mele viɖe bia ge ɖe ga la dzi la, ele na wò be nàtsɔ ga la ada ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam. “ ‘Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si, eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la, elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋu dɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi. Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’ “Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame. “Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me, elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum, eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene, eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ, eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.’ “Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsikɔ nɔ wuwòm, eye míena tsi wò nèno kpɔ? Ɣe ka ɣi nèva dze mí abe amedzro ene, eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode wò gaxɔ me alo nedze dɔ, eye míeva kpɔ wò ɖa?’ “Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’ “Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me, elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o. Meva dze mi abe amedzro ene, gake miexɔm o, menɔ amama, gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ, gake mieva kpɔm ɖa o, wodem gaxɔ me, gake medzro mi be miava do gbe teti hã nam o.’ “Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò be, dɔ le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi wò. Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã’? “Ale maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti hã o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.’ “Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/26-605b14fa0018b01e98693318af7fcb83.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be, “Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti.” Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me, be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebeme, awui la ŋuti. Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, “Míawɔ nu sia, gake menye le Ŋutitotoŋkeke la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.” Azɔ Yesu yi Betania, eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒe aƒe me. Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe, eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu. Esia ve dɔ me na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, eye wogblɔ be, “Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia? Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe!” Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le, ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnu la o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam. Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ tegbee o. Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ ami ʋeʋĩ la ɖe dzinye be wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi. Vavã, mele egblɔm na mi bena, nyɔnu sia ƒe ŋkɔ mele bubu ge akpɔ o, elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexea me godoo afi sia afi si woagblɔ nyanyui la le ko.” Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ, eye wòbia be, “Ho neni miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ. Tso gbe ma gbe dzi la, Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na nunɔlagãwo la didi me. Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu, eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ ” Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye wodzra ɖo na Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu le afi ma. Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu, eye woɖu nu. Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Vavã, mele egblɔm na mi bena, mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.” Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe, eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge. Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.” Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.” Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.” Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no, esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.” Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Medi be mianya nyuie be nyemegale wain sia no ge akpɔ o va se ɖe esime nye kple miawo miaganoe yeyee le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me.” Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi. Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã miakaka le ŋunye, elabena woŋlɔe ɖe mawunya me be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo katã akaka gbẽe.’ Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.” Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.” Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia koklo naku atɔ le fɔŋli me la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema. Ke Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me, eye wògblɔ na wo be woanɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa. Ekplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme. Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.” Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.” Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ, kasia ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro, eye wòbiae be, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka teti hã oa? Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.” Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be matsɔ agba sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia. Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa, eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo, gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woade nye Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo. Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna.” Esi wònɔ nu ƒom la, Yuda, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe, eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye ame dɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna. Yuda ɖo dzesi ɖi na wo eye wògblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na, eye yeagbugbɔ nu na la. Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ. Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia amewo dze Yesu dzi, eye wolée. Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa to na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã ƒe subɔla ɖeka. Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Mègawɔ wò yi ŋu dɔ o; tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋu dɔ la hã kpɔa ku le yi nu. Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa? Ke ne mewɔ nenema ɖe, aleke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?” Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o. Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo. Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo katã va ƒo ƒu ɖo la. Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa. Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã. Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ” Enumake Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la tsi tsitre hebia Yesu be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?” Ke Yesu meke nu o. Nunɔlagã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Kristo, Mawu ƒe Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.” Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ɛ̃, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ ava le dziƒo ƒe lilikpowo me.” Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la, ale woƒu asi akɔta gblɔ be, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya. Megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o. Mí katã míese eƒe numegbe xoxo. Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!” Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu, eye ɖewo tu kɔe, ƒo tome nɛ hegblɔ nɛ be, “Ne wòe nye Kristo la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne míakpɔ.” Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Dɔlanyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.” Ke Petro sẽ nu le wo katã ƒe ŋkume be, “Nyemenya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Emegbe la, Petro do ɖe agboa nu, eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ la ƒe nusrɔ̃lawo dome.” Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura o!” Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye. Wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.” Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.” Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòdo go, eye wòfa avi vevie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/27-2b48775117eaf6ab529d927421a42c00.mp3?version_id=1613,"Esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be yewoade ŋugble le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne woatso kufia na Yesu la ŋuti. Emegbe la, wode gae, eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe mɔmefia. Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la, kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ, eye wòvee vevie be wòwɔ esia, eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yi na wo. Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃, elabena mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.” Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui. Nunɔlagãwo va fɔ ga la le anyigba, eye wogblɔ be, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tsitre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.” Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi le la, eye yewoatrɔe wòazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem la. Eya ta woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe. Esia wu nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ ɖi be, “Wotsɔ klosaloga blaetɔ̃ si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la ƒle abɔe tso zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene” la nu. Azɔ la, Yesu tsi tsitre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖu la ƒe mɔmefia ƒe ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.” Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake ezi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o. Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?” Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o, eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ. Enye mɔmefia la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti. Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li. Ame sia nye ame baɖa kple tagbɔsesẽtɔ. Eƒe ŋkɔe nye Yesu Barabas. Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Barabas loo alo Yesu, miaƒe Kristo la?” Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yomee la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo, eya ta wolée ɖo. Ke esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o, elabena etsɔ si va yi ƒe zã la, meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.” Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu. Eya ta esi mɔmefia la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” La, ameha la do ɣli sesĩe be, “Barabas!” Pilato bia wo be, “Ekema nu ka mawɔ kple Yesu, miaƒe Kristo la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!” Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa, eye hoowɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, ena woku tsi ɖe gagbɛ me vɛ nɛ, ale wòklɔ asi le ameha la ƒe ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋukɔkɔɖi metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!” Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!” Ale Pilato ɖe asi le Barabas ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu, eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Romasrafowo be woakplɔe aɖaklã ɖe ati ŋuti. Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna la, eye asrafoha la katã va ƒo xlãe. Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti, eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ, eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.” Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti, eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe. Esi wowu fewuɖuɖu la nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti. Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene le Afrika. Eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golgata si gɔmee nye “Ametakoli Togbɛ.” Asrafoawo tsɔ wain si me wode gbe siwo vena la nɛ be wòano, gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be wòazu ame si ɖu dzi la tɔ. Esia megbe la, wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, Ame siae nye Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia la. Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋuti le Yesu ƒe axa eveawo dzi. Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be, “Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!” Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegã siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be, “Èɖe ame bubuwo, gake màte ŋu aɖe ɖokuiwò o! Ke wò boŋue nye Israel ƒe fia la? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?” Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti. Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”). Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle. Ameawo dometɔ ɖeka ƒu du ɖatsɔ aha tsitsi, eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu, eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu. Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.” Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na, eye wòku kpoo. Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã, eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le. Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.” Nyɔnu siwo kplɔ Yesu ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ le Yerusalem la le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo kple Yosef dada kpakple Yohanes kple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada. Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si trɔ zu Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la, yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woakɔ Yesu ƒe ŋutilã kuku la nɛ. Yosef xɔ ame kuku la, eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie, eye wòkɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu ɖe yɔdo la nu. Maria Magdalatɔ kple Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖi ɖo la kpɔm. Eye le dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke dzi la, nunɔlagãwo kple Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’ eya ta míedi be nàɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be etsi tsitre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.” Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi ne woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie.” Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ asrafowo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MAT/28-62ca8ba4cf9a88245c6d34bd949f7fd3.mp3?version_id=1613,"Ke le ŋkeke si dze Dzudzɔgbe yome, si nye Kɔsiɖagbe ƒe fɔŋli me la, Maria Magdalatɔ kple Maria evelia woyi ɖe yɔdo la to. Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa, eye wònɔ anyi ɖe edzi. Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene. Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo, eye womu dze anyi heku ƒenyi. Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele, gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa. Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.” Nyɔnuawo ƒu du dzo le yɔdo la to kple vɔvɔ̃ kple dzidzɔ. Esi wole dua dzi yina ɖe nusrɔ̃lawo di ge la, Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi,” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi, eye wosubɔe. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake woayi ɖe Galilea, eye woado gom le afi ma.” Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdo la ŋuti dzɔm la ƒe ɖewo va nunɔlagãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo. Esi nunɔlagãwo kpe ta kple dumegãwo la, wode aɖaŋu, eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo hegblɔ be, “Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofi eƒe kukua dzoe esime míenɔ alɔ̃ dɔm.’ ” Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be mɔmefia la se nya sia la, míatsi tsitre aʋli mia ta, eye nu sia nu ayi edzi nyuie.” Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã. Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi, eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi. Wokpe Yesu le afi sia, eye wosubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe edzi be Yesu ŋutɔe nye ema o. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam, eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/1-db4a775dab00e08faa5208241c1985d9.mp3?version_id=1613,"Fia Ahasuerus nye fia ɖe Media kple Persianyigbawo dzi. Eɖu fia ɖe dukɔ alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) dzi, tso India yi keke Kus. Le ɣe ma ɣi me la, Fia Ahasuerus nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa mɔ gã la me. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe Susa fiasã la me. Ekpe bubumewo, fiaŋumewo kple aʋakplɔlawo kple ame ŋkutawo tso Media kple Persia ƒe nutowo katã me. Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi (180) sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia. Esi wowu ŋkekenyui gã sia ɖuɖu nu la, Fia la ɖo kplɔ̃ tɔxɛ na fiasã la me nɔlawo, amegãwo kple subɔlawo siaa, ŋkeke adre le xɔxɔnu si le abɔ la ŋgɔ le Susa mɔ gã la me. Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo. Wona wain ameawo ɖe sikakplu siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la me. Wain si fia la na amewo la sɔ gbɔ ŋutɔ. Le fia la ƒe sedede nu la, ame sia ame ano wain agbɔsɔsɔ si eya ŋutɔ di be yeano la. Fia la ɖo na eƒe ahakulawo be woaɖe asi le ame sia ame ŋu wòawɔ nu si dze eŋu. Fianyɔnu Vasti hã ɖo kplɔ̃ gã aɖe na nyɔnu siwo nɔ Fia Ahasuerus ƒe fiasã la me ɣe ma ɣi tututu. Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas. Fia la ɖe gbe na wo be woakplɔ Fianyɔnu Vasti vɛ, wòaɖɔ eƒe fiakuku, ale be ameawo katã nakpɔ eƒe tugbedzedze. Nyateƒe, Fianyɔnu Vasti dze tugbe ŋutɔŋutɔ. Ke esi dɔlawo gblɔ nɛ be fia la be wòava la, egbe meyi o. Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ. Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie. Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me. Fia la bia wo be, “Le sea nu ɖe, nu ka wòle be woawɔ Fianyɔnu Vasti? Mewɔ ɖe gbe si Fia Ahasuerus ɖo ɖee to ŋutsu tatawo dzi la dzi o.” Memukan ƒo nu ɖe bubumeawo nu gblɔ be, “Fianyɔnu Vasti da vo, menye ɖe fia la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe fiaŋume ɖe sia ɖe kple ame sia ame si le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒea me la ŋu. Ne Persia kple Media nyɔnu ɖe sia ɖe se nu si Fianyɔnu Vasti wɔ ɖe fia la ŋu la, woade asi aglãdzedze me ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wòagblɔ be Fia Ahasuerus ɖe gbe be woakplɔ Fianyɔnu Vasti va ye ŋkume, gake egbe vava. Hafi zã nado la, mí, wò aɖaŋuɖolawo katã srɔ̃wo ase nu si fiasrɔ̃ la wɔ, eye woade asi nuƒoƒo me na mí bubumewo, wo srɔ̃wo hã nenema tututu, ekema vlodoame kple dɔmedzoe koe anɔ wò fiaɖuƒe blibo la me. Nuwuwu manɔ anyi na amemabumabu kple tɔtɔ sia o, eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti. Ne wode se sia le wò fiaɖuƒe gã la me la, nyɔnuwo ade bubu wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.” Fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kpɔ ŋudzedze le Memukan ƒe aɖaŋuɖoɖo la ŋu, ale fia la wɔ ɖe Memukan ƒe susu la dzi. Woɖo agbalẽwo ɖe nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe la me le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye wote gbe ɖe edzi le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me be ŋutsu ɖe sia ɖe naɖu eƒe aƒe dzi, eye wòana ame sia ame nade bubu eŋu abe aƒea ƒe tatɔ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/2-1655f94c07273d8f148623d2910081f0.mp3?version_id=1613,"Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta. Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò. Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo, eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi. Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi. Wolée esime Nebukadnezar gbã Yerusalem, eye wòɖe aboyoe kpe ɖe Yuda fia Yehoyatsin kple ame bubu geɖewo ŋu va Babilonia. Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene. Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ. Ke Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔ yenye o, elabena Mordekai de se nɛ. Hegai vaa nyɔnuwo ƒe nɔƒe la va biaa Ester ƒe agbe ta se. Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade. Ale si wòawɔ hafi ayi ɖe fia la gbɔe nye esi: Nu sia nu si ɖetugbi la bia la, woatsɔe nɛ le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la be wòatsɔ ayi ɖe fiasã la mee. Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi. Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe. Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe. Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me. Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu. Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene. Gbe ɖeka la, esime Mordekai nɔ dɔ wɔm le fiasã la me la, ŋutsu eve siwo nye fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo, Bigtan kple Teres, ame siwo nɔ fiasã la ƒe agboa nu dzɔm la do dɔmedzoe ɖe fia la ŋu, eye woɖo be yewoawu Fia Ahasuerus. Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye. Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/3-6a9a3d07fb4ee1d5f31d96768f977001.mp3?version_id=1613,"Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me. Azɔ la, ame sia ame si le fiasã la ƒe agbo nu la bɔbɔna, dea ta agu na Haman ne eva yina, le Fia Ahasuerus ƒe sedede nu. Mordekai ya gbe, mebɔbɔna dea ta agu na Haman o. Esia ta, dɔnunɔla siwo nɔ fia la ƒe agbo nu la bia Mordekai be, “Nu ka ta nèle fia la ƒe se dzi dam ɖo?” Azɔ gbe sia gbe woƒonɛ ɖe enu, gake egbe be yemawɔe o. Ale wogblɔ nya la na Haman ne woakpɔe ɖa be, Mordekai ƒe wɔnawo ado dzidzɔ nɛ hã, elabena Mordekai na wonya be Yudatɔe yenye. Esi Haman kpɔ be Mordekai mele klalo be yeade ta agu na ye alo ade bubu ye ŋu o la, dzi kui vevie ŋutɔ. Ke esi wònya Mordekai kple eƒe amewo ta la, susu be woawu eya ɖeka la nye nu sue aɖe ko nɛ, eya ta Haman di mɔ nyuitɔ si dzi wòato atsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame siwo nye Mordekai ƒe amewo le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la katã me. Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar. Tete Haman te ɖe Fia Ahasuerus ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dukɔ tɔxɛ aɖe me tɔwo kaka ɖe wò fiaɖuƒe la ƒe nutowo katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ ɖe sia ɖe tɔ gbɔ. Gawu la, womewɔa fia la ƒe sewo dzi o, eya ta mede fia la dzi ne wòaɖe asi le wo ŋu be woanɔ agbe o. Ne edze fia ŋu la, ekema nàɖe gbe be woatsrɔ̃ wo katã. Mada klosalo tɔn alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345) atsɔ ade fia la ƒe gakotoku me ne woatsɔ axe fee na ŋutsu gadzraɖoƒe la dzikpɔla be woatsɔ axe fe na ame siwo awɔ dɔ sia.” Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene. Fia la gblɔ na Haman be, “Wò ga la nenɔ anyi ko, gake wɔ nu si dze ŋuwò, eye wònyo na wò kple ame siawo la.” Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, woyɔ agbalẽŋlɔla siwo katã le fiasã me la ƒo ƒu, woŋlɔ agbalẽ ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe si wogblɔna le fiaɖuƒe la me la me. Wowɔe ɖe Haman ƒe sedede nu na fia la ƒe dɔnunɔlawo, mɔmefia siwo le nutowo me dzi kpɔm kple gbegbɔgblɔ vovovowo ƒe ame ŋkutawo. Woŋlɔ lɛta la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ eƒe ŋkɔsigɛ de ete. Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene. Wogblɔ kpe ɖe ɖoɖo sia ŋu be, “Miɖe gbeƒã se sia le miaƒe nuto ɖe sia ɖe me, eye miana ame sia ame nanya nu tso eŋu, ale be wòawɔ eƒe dɔdeasi le ŋkeke ɖoɖo la dzi.” Woɖo agbalẽwo ɖa to fia la ƒe dɔtsɔla zazɛ̃tɔwo dzi le gbeƒãɖeɖe le Susa du la me megbe. Fia Ahasuerus kple Haman wonɔ anyi nɔ aha nom esime vɔvɔ̃ lé amewo, eye ʋunyaʋunya dzɔ le du blibo la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/4-d146d7ab0b6a0922b031ab457e670efa.mp3?version_id=1613,"Esi Mordekai se nya si dzɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, si dzowɔ ɖe ŋuti, eye wòyi dua me henɔ avi fam sesĩe nublanuitɔe. Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o. Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta. Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o. Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae. Ale Hatak do go yi ablɔ dzi, eye wòkpɔ Mordekai le fiasã la ƒe agboa godo. Tete Mordekai gblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ kple ga home si ŋugbe Haman do be yeatsɔ ade fia la ƒe gadzraɖoƒe me hena Yudatɔwo wuwu. Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo. Ale Hatak trɔ yi Ester gbɔ, eye wògblɔ nya si Mordekai be wòagblɔ nɛ la nɛ. Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be, “Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.” Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai, eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã? Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?” Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be: “Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!” Ale Mordekai wɔ nu si Ester ɖo nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/5-ce0a178221a732563f292f9b8dd74c87.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu. Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame. Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!” Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.” Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi.” Ale fia la kple Haman woyi kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu. Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!” Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe. Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.” Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Ke eɖu eɖokui dzi, yi aƒe me, eye wòyɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres. Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu. Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã! Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma nɔ anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm.” Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/6-f4f4996242d9497197354165a13a5f7a.mp3?version_id=1613,"Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ. Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya. Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?” Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!” Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu. Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.” Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.” Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?” Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?” Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la, fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ. Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’ ” Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!” Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!” Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo. Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!” Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/7-6f0ac89d00f318eb2b1befa9c7d90117.mp3?version_id=1613,"Ale Haman kple Fia Ahasuerus va kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu. Fia la gabia Ester esi wonɔ wain nom la be, “Nu kae nèdi be yeabia, Fianyɔnu Ester? Nu ka nèdi? Nu sia nu si wòanye la, matsɔe na wò, ne anye nye fiaɖuƒe la ƒe afãe gɔ̃ hã la, mana wò!” Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia, elabena wotsɔ nye kple nye amewo dzra be woagbã mi, woawu mí, eye woatsrɔ̃ mi, gake ne woadzra mí míazu kluviwo kple kosiviwo ɖeɖe ko la, anye ne mazi ɖoɖoe, gake nunana si ŋugbe futɔ la do la, made nu gbogbo siwo fia la abu la nu o.” Fia Ahasuerus bia Fiasrɔ̃ Ester be, “Ame kae? Afi ka ŋutsu si dɔ eɖokui be yeawɔ nu sia la le?” Ester ɖo eŋu be, “Míaƒe futɔ kple ketɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia.” Tete vɔvɔ̃ na Haman ɖi vo, eye eƒe mo da tu le fia la kple fiasrɔ̃ la ƒe ŋkume. Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta. Esi fia la trɔ gbɔ tso fiasã la ƒe abɔ me hege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la ko la, ekpɔ Haman wòmu dze Fiasrɔ̃ Ester dzi le zikpui legbe si dzi wòdze ŋe ɖo la dzi. Fia la blu be, “Aa! Ɖe wòle asi de ge fiasrɔ̃ la ŋu esi wòli kplim le nye aƒe mea?” Fia la mekpɔ wu nuƒo la nu hafi wova tsɔ nu tsyɔ mo na Haman o. Harbona, fia la ƒe subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Fia bubutɔ, Haman na wotu kadeveti aɖe si kɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃ la ɖe Mordekai, ame si ɖe fia la ƒe agbe la ŋu, ele Haman ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu.” Fia la ɖe gbe be, “Mide ka ve na Haman ɖe kadeveti la ŋu!” Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/8-52aba327cd13367eb24748e566b3147e.mp3?version_id=1613,"Gbe ma gbe ke la, Fia Ahasuerus tsɔ Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe nunɔamesiwo katã na Fianyɔnu Ester. Woyɔ Mordekai va fia la ŋkume, elabena Ester gblɔ ale si eya kple Mordekai wodo ƒomee la nɛ. Fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ si wògbugbɔ xɔ le Haman si la, eye wòtsɔe na Mordekai. Fianyɔnu Ester tsɔe ɖo Haman ƒe kesinɔnuwo katã nu. Ester gava fia la ŋkume, dze klo ɖe eƒe afɔ nu, eye wòɖe kuku nɛ kple avi be wòatsi nugbe si Haman, Agagitɔ la ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la nu. Fia la galé sikafiatikplɔ la do ɖe Ester gbɔ, ale Ester tsi tsitre ɖe fia la ŋkume. Egblɔ be, “Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye hebui be enye nu nyui yeawɔ, eye ne nye nu nyo fia la ŋu la, na be woaŋlɔ agbalẽ bubu atsɔ ate fli ɖe ɖoɖo si Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ la wɔ heŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amewo le fiaɖuƒe la katã me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la me, elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.” Fia Ahasuerus ɖo eŋu na Fiasrɔ̃ Ester kple Mordekai, Yudatɔ la be, “Esi Haman tso ɖe Yudatɔwo ŋuti ta la, mexɔ eƒe nunɔamesiwo katã tsɔ na Ester, eye mena wode ka ve na eya ŋutɔ. Azɔ la, ŋlɔ agbalẽ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me ɖe Yudatɔwo katã nu; ŋlɔ nya sia nya si nàdi be yeagblɔ la le fia la ƒe ŋkɔ me, eye nàtre agbalẽ la nu kple nye ŋkɔsigɛ ale be womagate ŋu atrɔe o, elabena nu sia nu si woŋlɔ ɖe fia la ƒe ŋkɔ me, eye wotre enu kple eƒe ŋkɔsigɛ la, womate ŋu atrɔe gbeɖe o.” Enumake woyɔ agbalẽŋlɔla siwo le fia la ƒe dɔ me la vɛ le ɣleti etɔ̃lia si woyɔna be, Sivan la ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃a gbe. Azɔ woŋlɔ Mordekai ƒe gbedeasi siwo ɖom wòle ɖe Yudatɔwo, dumegãwo, mɔmefiawo kple bubume siwo le nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adre (127) si keke tso India yi ɖase ɖe Kus ƒe liƒowo dzi ke la me. Woŋlɔ gbedeasi siawo ɖe nuto ɖe sia ɖe ƒe gbegbɔgblɔ me, eye woŋlɔe na Yudatɔwo hã ɖe woƒe degbe me. Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Fia Ahasuerus ƒe ŋkɔ me, eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia la ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla, vevietɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. Fia la ƒe sedede ɖe mɔ na Yudatɔwo le du ɖe sia ɖe me be wokpɔ mɔ aƒo ƒu, eye woaʋli wo ɖokuiwo ta. Wokpɔ mɔ hã be woagblẽ nu, awu alo atsrɔ̃ asrafoha ɖe sia ɖe tso dukɔ alo to ɖe sia ɖe me, esiwo ke aho aʋa ɖe woawo ŋutɔ kple wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu, eye woaha woƒe futɔwo ƒe nunɔamesiwo. Ŋkeke si woɖo hena Yudatɔwo ƒe nu sia wɔwɔ le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe blibo la mee nye ɣleti wuievelia, Ada, ƒe ŋkeke wuietɔ̃a gbe. Wona be woawɔ fia la ƒe gbedeasi wòazu se le nuto ɖe sia ɖe me, eye woakakae na gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe ale be Yudatɔwo anɔ klalo le ŋkeke ma dzi ne woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me. Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom. Le Yudatɔwo gome ya la, enye dzidzɔ, aseyetsotso, aglotutu kple bubu ƒe ɣeyiɣi na wo. Esi fia la ƒe sedede la va ɖo du sia du kple nuto ɖe sia ɖe me la, Yudatɔwo katã kpɔ dzidzɔ, woɖu ŋkekenyui, eye womewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ame geɖewo wɔ wo ɖokuiwo Yudatɔwoe, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/9-0cbde4a730907be73ca2a49e59b24ec0.mp3?version_id=1613,"Le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi la, wowɔ ɖe se si fia la de la dzi. Le ŋkeke sia dzi la, Yudatɔwo ƒe futɔwo kpɔ mɔ be yewoaɖu wo dzi, gake azɔ la, nuwo trɔ bubui, eye Yudatɔwo ƒe alɔ yi dzi ɖe ame siwo lé fu wo la ŋu. Yudatɔwo ƒo ƒu ɖe du vovovo siwo me wonɔ la me le nuto siwo katã nɔ Fia Ahasuerus ƒe dziɖuɖu te la me be woawɔ avu kple ame siwo katã nɔ woƒe gbegblẽ dim. Ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o, elabena ame siwo tso gbegbɔgblɔ bubuwo me la nɔ vɔvɔ̃m na wo. Bubume siwo katã nɔ nutoawo me, dumegãwo, mɔmefiawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, elabena Mordekai ƒe ŋɔdzi lé wo katã. Mordekai nye ame ŋkuta aɖe le fiasã la me, eƒe ŋkɔ ɖi de fiaɖuƒe la ƒe akpa sia akpa, eye eƒe ŋusẽ ganɔ dzi dem ɖe edzi ɣe sia ɣi. Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo. Le Susa mɔ gã la me la, Yudatɔwo wu, eye wotsrɔ̃ ŋutsu alafa atɔ̃. Wowu Parsandata, Dalfon, Aspata, Porata, Adalia, Aridata, Parmasta, Arisai, Aridai kple Vaizata, ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o. Gbe ma gbe fiẽ la, wogblɔ ame siwo wowu le Susa mɔ gã la me ƒe xexlẽme na Fia Ahasuerus. Fia la gblɔ na Fianyɔnu Ester be, “Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃ (500) sɔŋ le Susa mɔ gã la me, ame siwo dome Haman ƒe viŋutsu ewoawo hã le. Ne miewɔ alea le afi sia la, mekpɔ nu si miewɔ le nye fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo ɖa! Ke azɔ la, nu bubu ka dim nègale? Mawɔe na wò, gblɔe nam ko, ekema mawɔe.” Ale Ester gblɔ be, “Ne edze ŋuwò la, ekema nàɖe mɔ be Yudatɔ siwo le Susa le afii la, nagawɔ nu si wowɔ egbe la etsɔ hã, eye nàna woatsi Haman ƒe viŋutsuwo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu.” Fia la lɔ̃, woɖe gbeƒã se si ɖe mɔ le nu sia ŋu la le Susa. Ale wotsi Haman ƒe viŋutsu ewoawo ƒe kukuawo ɖe kadeveti la ŋu. Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuienea gbe, eye wogawu ame alafa etɔ̃ (300). Ke womeha ame kukuawo ƒe nuwo o. Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ siwo nɔ fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo la ƒo ƒu, eye wotsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. Wowu woƒe futɔ akpe blaadre-vɔ-atɔ̃ (75,000), gake womeha woƒe nuwo o. Wowɔ nu sia le nutoawo me le ɣleti wuievelia alo Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi. Le ŋkeke wuienea gbe la, wodzudzɔ wo ɖokuiwo, eye wowɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe. Ke Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti la ƒe ŋkeke wuietɔ̃a kple wuienea gbe, eye wodzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke wuiatɔ̃a gbe hewɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe. Esia tae Yudatɔ siwo le kɔƒewo me la, ɖoa ŋku Ada alo ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi heɖunɛ le dzidzɔkpɔkpɔ kple nuɖuɖu kple nunono me. Wonaa nunana wo nɔewo hã le ŋkeke ma dzi. Mordekai ŋlɔ nu tso nya siawo katã ŋuti, eye wòɖo agbalẽ la ɖe Yudatɔwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me. Edo ŋusẽ wo be woaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia dzi. Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo hã. Ale Yudatɔwo lɔ̃ heɖua ŋkeke la abe ale si wodze egɔmee ene ɖe nu si Mordekai ŋlɔ na wo la nu. Hamedata ƒe vi, Haman, Agagitɔ, Yudatɔwo ƒe futɔ, ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yeatsrɔ̃ wo, eye woka nu kple pur be yeagblẽ wo dome, atsrɔ̃ wo, gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo, eya ta wona ŋkɔ ŋkekenyui sia be Purim, elabena woyɔa nukaka le Persiagbe me be pur . Le nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple nu si wokpɔ kple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la, Yudatɔ siwo katã nɔ fiaɖuƒe la me la lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze kɔnu sia wɔwɔ gɔme, eye yewoatsɔe ade asi na yewoƒe dzidzimeviwo kple ame siwo katã azu Yudatɔwo. Woɖo be yewomagbe ŋkekenyui sia ɖuɖu le ŋkeke eve siawo dzi le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi ƒe sia ƒe o. Woɖo be wòanye nu si woawɔ ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime, woaɖui le ƒome ɖe sia ɖe me, le kɔƒewo kple du gãwo siaa me le fiaɖuƒe la me, ale be ŋkuɖoɖo nya si dzɔ dzi la mabu le Yudatɔwo dome alo le woƒe dzidzimeviwo dome o. Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, wogaŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo katã, eye woɖoe ɖe nuto alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-adreawo (127) katã me le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒe la me, hedi nyui kple ŋutifafa na ame sia ame. Wodi tomefafa kple dedinɔnɔ na wo, eye woɖo na wo kple woƒe dzidzimeviwo be woaɖu Purim ŋkekenyui la le eɖuɣi tututu abe ale si wowɔa se siwo ku ɖe nutsitsidɔ kple konyifaɣiwo ŋu la dzi ene. Mordekai kple Fianyɔnu Ester siaae de se sia. Ale Ester ƒe sedede ɖo kpe ŋkeke sia dzi, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EST/10-ff9b64ab6ddfad10ddb4450fc19eb6aa.mp3?version_id=1613,"Fia Ahasuerus ɖo nudzɔdzɔ ame siwo le anyigba la ŋutɔ kple ame siwo le ƒukpowo gɔ̃ hã dzi la siaa dzi. Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/1-3808d37de31df509d34e105ec580f7c7.mp3?version_id=1613,"Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Mi kple Aron mixlẽ Israel dukɔ la katã ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo. Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò. “Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔwoe nye: “Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me. Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me. Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me. Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me. Eliab, Helon ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me. Yosef ƒe viwo tɔwoe nye: Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me kple Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me, Abidan, Gideon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.” Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo. Le gbe ma gbe ke la, Mose kple Aron kple ŋutsu wuieve siwo wotia la yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo abe ale si Yehowa de se ene. Mose wɔ ŋkɔŋɔŋlɔ sia le Sinai gbegbe. Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500). Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Gad ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple woƒe aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Gad ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ (45,650), alafa ade blaatɔ̃. Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Yuda ƒe dzidzimeviwo dome ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Yuda ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Isaka ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Isaka ƒe to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Zebulon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Zebulon ƒe to me la le ame akpa blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400). Yosef ƒe viwo tɔe nye esi: Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Efraim ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Efraim ƒe to la me le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Manase ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Manase ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200). Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Benyamin ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Benyamin ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene (35,400). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Dan ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Dan ƒe to la me le ame akpe blaadre-vɔ-eve, alafa adre (62,700). Woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Aser ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Aser ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). Eye woxlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Naftali ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu. Ame siwo wotia, xlẽ le Naftali to la me le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ alafa ene (53,400). Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka Eye wotia Israelviwo katã xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Israel. Ame siwo katã wotia, xlẽ la le ame akpe alafa ade vɔ etɔ̃, alafa atɔ̃, blaatɔ̃ (603,550). Ke womexlẽ Levi ƒe viwo ƒe ƒomewo kple aƒewo kpe ɖe wo ŋuti o. Elabena Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe Levi ƒe viwo katã ɖa le amexexlẽ sia me, eye mègabu wo kpe ɖe Israelvi bubuwo ƒe xexlẽme ŋu o, elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ, eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku. Israelviwo ƒe to vovovoawo aƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo, ɖe sia ɖe kple eƒe aflaga tɔxɛ Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.” Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/2-fa58bcb54e299db66ee86bbdc17b2657.mp3?version_id=1613,"Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be, “Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.” Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome. Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade (74,600). Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene (54,400). Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene (57,400). Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene (186,400). Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu. Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome. Ruben ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elizur, Sedeur ƒe vi, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ- ade, alafa atɔ̃ (46,500). Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300). Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃ (45,650). Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃ (151,450). Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ. Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome. Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene alafa atɔ̃ (40,500). Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve (32,200). Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene (35,400). Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka (108,100). Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho. Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo. Dan ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre (62,700). Aser ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Dan ƒe viwo xa. Aser ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃ (41,500). Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu, ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400). Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade (157,600). Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu. Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/3-6311bef64d163449d39bd7a1bc85c0d0.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Aron kple Mose viwo, le ɣeyiɣi si me Yehowa ƒo nu na Mose le Sinai to la dzi la. Viŋutsu enee nɔ Aron si. Woawoe nye Nadab, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abihu, Eleaza kple Itamar. Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me. Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti. Eya ta Yehowa gblɔ na Mose be, “Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Woawɔ nu siwo Aron aɖo na wo. Woawɔ dɔ kɔkɔewo le Agbadɔ la me ɖe Israelviwo katã nu, Woakpɔ Agbadɔ la me nuwo kple Agbadɔ blibo la dzi elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene. Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo. Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!” Yehowa gblɔ na Mose le Sinai gbegbe la be, “Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.” Ale Mose xlẽ wo abe ale si Yehowa ƒe nya ɖo nɛ ene. Levi ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gerson, Kohat kple Merari Gerson ƒe viwo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Libni kple Simei. Kohat ƒe viwo nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Eye Merari ƒe viwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Mahli kple Musi. Esiawo nye Levi ƒe viwo ƒe ƒome le woƒe aƒewo nu. Gerson hawo nye Libni kple Simei ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Gerson ƒe ƒomeawo. Wotia ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre, alafa atɔ̃ (7,500). Eye Gerson ƒe ƒome la ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la megbe le ɣedzeƒe gome. Gerson ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Lael ƒe viŋutsu. Gerson ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nɔƒe kple agbadɔ la, la gbɔ, egbãnuwo, mɔnuwo kple eŋu vɔ, kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la, vɔsamlekpui la kple ka siwo katã wotsɔ bla agbadɔ la ɖekae kple mɔnuvɔ la dzi. Kohat ƒe ƒomeawoe nye: Amram ƒe viwo, Izhar ƒe viwo, Hebron ƒe viwo kple Uziel ƒe viwo. Ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa ade (8,600). Woawo nakpɔ kɔkɔeƒe la me nuwo dzi. Kohat ƒe ƒome la naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axadzi le dzigbeme lɔƒo. Kohat ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Elizafan, Uziel ƒe viŋutsu. Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ ene siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti, vɔsamlekpui la ƒe nu vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le agbadɔ la me, xɔmetsovɔ kple nu siwo katã hiã be woadzra ɖo le nu siawo ŋu la dzi. Eleazar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu anye kplɔlawo katã ƒe tatɔ, eye kɔkɔeƒe la dzi kpɔkpɔ nye eƒe dɔ tɔxɛ. Merari hawo nye: Mahli ƒe viwo ƒe ƒome kple Musi ƒe viwo ƒe ƒome. Woawoe nye Merari ƒe ƒomeawo. Wo dome ŋutsu siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve (6,200). Merari ƒe ƒome la ƒe kplɔlae nye Zuriel, Abihail ƒe viŋutsu; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasie nye woakpɔ ati siwo wotsɔ tu Agbadɔ la, sɔtiwo kple woƒe zɔwo kple nu sia nu si wohiã na wo ŋu dɔ wɔwɔ la dzi, eye woagakpɔ sɔti siwo ƒo xlã xɔxɔnu la, woƒe zɔwo kple tsyotiwo kple kawo dzi. Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo. Ame siawo ƒe dɔdeasie nye be woakpɔ be agbadɔ la dzi kpɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiwo pɛpɛpɛ ɖe Israelviwo nu. Ame sia ame si menye nunɔla alo Levi ƒe vi o, gake wòge ɖe agbadɔ la me la, aku. Ale Levi ƒe viwo katã, siwo Mose kple Aron xlẽ abe ale si Yehowa gblɔ ene, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000). Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la, eye nàŋlɔ wo katã ŋkɔ. Tsɔ Levi ƒe viwo nam ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo nam ɖe Israelviwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Yehowa.” Ale Mose xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene, eye wòkpɔ be viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (22,273). Yehowa gagblɔ na Mose be, “Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa. Be nàƒle Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi alafa eve blaadre-vɔ-etɔ̃ (273), siwo sɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ta la, ele be nàxɔ klosaloga gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta, ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu, si ƒe kpekpeme nye gram ewo. Tsɔ ga si wona hena Israelvi mamlɛawo ɖeɖe la na Aron kple via ŋutsuwo.” Ale Mose xɔ taƒlega ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔ alafa eve, blaadre-vɔ-etɔ̃, ame siwo wotsɔ wosɔ gbɔ wu Levi ƒe viwo ƒe xexlẽme la ta. Ga si woxɔ le Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo si la ƒe kpekpeme le klosalo kilogram wuiatɔ̃ kple afã (15.5) le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu Mose tsɔ taƒlega la na Aron kple via ŋutsuwo abe ale si Yehowa ƒe nya de see nɛ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/4-3314653ad97501737a275ac9069ef20f.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Mixlẽ Kohat ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome le woƒe towo kple ƒomewo nu. Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me. “Esiawoe nye Kohat ƒe viwo ƒe dɔ le agbadɔ la me: nu kɔkɔetɔwo dzi kpɔkpɔ. Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi. Emegbe la, woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ xɔmetsovɔ la dzi, atsɔ aɖabɛ blɔtɔ atsyɔ tɔmenyigbalẽ la dzi, eye woatsɔ nubablaɖakakɔkpoawo aƒo ɖe eƒe gagodoeawo me. “Le esia megbe la, woatsɔ aɖabɛ blɔtɔ la akeke ɖe ŋkumeɖobolo la ƒe kplɔ̃ la dzi, eye woatsɔ agbawo, gatsiwo, trewo kple kpluwo kple abolo la ada ɖe avɔ la dzi. Woakeke avɔ dzĩtɔ ɖe nu siawo dzi, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ aɖabɛ dzĩtɔ la dzi azɔ. Emegbe la, woatsɔ kplɔ̃kɔkpoawo ade kplɔ̃ la ƒe gagodoeawo me. “Nu si woagawɔ azɔe nye woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ akaɖiti la, akaɖigbɛawo, ɖovulãnuwo, nutɔgbawo kple amigoe la dzi. Ekema woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ nuawo katã dzi, eye woatsɔ nubabla blibo la ada ɖe agbati aɖe dzi. “Azɔ la, woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ sikavɔsamlekpui la dzi, atsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ eya hã dzi, eye woatsɔ kpoawo aƒo ɖe gagodoeawo me le vɔsamlekpui la ŋu. “Ekema woabla nu bubu siwo katã asusɔ ɖe agbadɔ la me la ɖe avɔ blɔtɔ aɖe me, atsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ eya hã dzi, eye woada nubabla la ɖe agbati dzi. “Woalɔ dzowɔ le akɔblivɔsamlekpui la dzi, eye woatsɔ aɖabɛ dzĩtɔ atsyɔ na vɔsamlekpui la. Woatsɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le vɔsamlekpui la dzi la ada ɖe avɔ la dzi. Nu siawoe nye afilɔnuwo, gaflowo, sofiwo, zewo kple vɔsamlekpui la dzi nu bubuawo katã, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ wo dzi. Woatsɔ nukɔkpoawo ade woƒe gagodoeawo me. “Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me. “Nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Eleazar, ƒe dɔdeasie nye wòakpɔ akaɖimemiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩwo, gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple ami sisi la dzi. Kpuie ko la, eƒe dɔe nye wòakpɔ Agbadɔ blibo la kple nu siwo katã le eme la dzi.” Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Kpɔ egbɔ be womeɖe Kohat ƒomea ɖa le Levi ƒe viwo dome o. Be woanɔ agbe, eye womaku o, ne wote ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, miwɔ nu siawo na wo: Aron kple via ŋutsuwo ayi ɖe kɔkɔeƒe la, eye wòade dɔ si ame sia ame awɔ kple nu sia nu si wòakɔ la asi nɛ. Ne womekplɔ Kohat ƒe viŋutsuwo yi o la, mele be woage ɖe agbadɔ la me o; ne menye nenema o la, woakpɔ nu kɔkɔeawo le afi ma, eye woaku.” Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Xlẽ Gerson ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome, ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔ kɔkɔe la wɔwɔ le agbadɔ la me. “Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ: Nɔƒe la ƒe xɔmetsovɔ, agbadɔ la ŋutɔ kple kpɔ si ƒo xlãe, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ gbã agbadɔ la kple avɔ si le eƒe mɔnu. Woawoe akɔ kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la ŋu vɔwo, agbonuvɔ si le nɔƒe si ƒo xlã vɔsamlekpui la kple agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe vɔsamlekpui la, kawo kple wo ŋu nu bubuawo katã. Woawo ƒe dɔ wònye be woakɔ nu siawo. Aron alo via ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ade dɔ siawo asi na Gerson ƒe viwo, ke esiae nye Gerson viwo ƒe ƒome la ƒe dɔwo le agbadɔ la ŋu, eye woanɔ nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Itamar ƒe dzikpɔkpɔ te. “Azɔ la, xlẽ Merari ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome, ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ le Agbadɔ la me. Xlẽ ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃ le ame siwo va be yewoawɔ agbadɔ la ŋu dɔwo dome Esiae nye woƒe dɔdeasi si woawɔ le agbadɔ la ŋuti dɔwo wɔwɔ me: woakɔ ʋuƒowo, gamedetiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo, nɔƒe la ƒe kpɔ ƒe sɔtiwo kple zɔwo, tsyotiwo, kawo kple nu sia nu si ku ɖe wo ŋu dɔ wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ŋu. De dɔ asi na ame sia ame wotɔxɛtɔxɛe. Merari ƒe viwo hã awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu le nunɔla Aron ƒe viŋutsu Itamar ƒe kpɔkplɔ te.” Ale Mose kple Aron kple kplɔla bubuawo xlẽ Kohat ƒe viwo kple woƒe ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, ame siwo dze na dɔwɔwɔ le agbadɔ la me. Wode ŋutsu akpe eve, alafa adre blaatɔ̃ (2,750). Esiawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kohat viwo ƒe ƒome la me be woawɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Eye wotia Gerson ƒe viwo xlẽ le woƒe ƒome kple aƒewo nu. Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu la le ame akpe eve alafa ade, blaetɔ̃ (2,630). Ame siawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia, xlẽ le Gerson ƒe viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia amewo, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la kple aƒewo nu. Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe Agbadɔ la ŋu. Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomea nu la le ame akpe etɔ̃, alafa eve (3,200). Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron wotia, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la me abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Levi ƒe vi siwo katã Mose kple Aron kple Israel kplɔlawo wotia le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu, eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema va se ɖe ƒe blaatɔ̃ be woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woakɔ agba la ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa atɔ̃ blaenyi (8,580). Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòakɔ lae, abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia wo xlẽ abe ale si Yehowa de se na Mose ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/5-582ae59122e4e98a3eacf4768aa96259.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me. Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ kɔ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o.” Ale Israelviwo wɔ Yehowa ƒe se la dzi eye woɖe ame siawo katã ɖa le asaɖa la me. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu da vo ɖe ame aɖe ŋu le mɔ aɖe nu eye wòto nu ma me meɖi anukware na Yehowa o la, ame ma ɖi fɔ. Ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la. Ke ne ame si ŋu wòwɔ nu vɔ̃ ɖo la ku eye eƒe ƒometɔ gobii aɖeke meli wòaxe fea na o la, ekema axee na Yehowa to nunɔla dzi eye wòagana alẽ ɖeka hena avuléle. Nu kɔkɔe ɖe sia ɖe si Israelviwo atsɔ vɛ na nunɔla aɖe la, anye nunɔlaa tɔ. Ame sia ame ƒe nu kɔkɔewo nye eya ŋutɔ tɔ, ke esi wòatsɔ na nunɔla la, anye nunɔla la tɔ.’ ” Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ tra mɔ, meɖi anukware nɛ o, eye ŋutsu bubu de asi eŋu, nu sia le ɣaɣla ɖe srɔ̃a, eye womenya be egblẽ kɔ ɖo o (elabena ɖasefo aɖeke meli ɖe eŋu o, eye womelée asiasi o), ne ŋutsu la le ŋu ʋãm, eye wòbu be ye srɔ̃ gblẽ kɔ ɖo, alo ne eʋã ŋu togbɔ be srɔ̃a megblẽ kɔ ɖo o hã la, ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe. “ ‘Nunɔla la akplɔ nyɔnu la ayi Yehowa ŋkume, aku tsi kɔkɔe ɖe anyikplu aɖe me, eye wòaku agbadɔ la me ke akɔ ɖe tsi la me. Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume vɔ la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi. Nunɔla la ana nyɔnu la naka atam, eye wòagblɔ nɛ be, “Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ kpli wò o, ne mèda afɔ, hegblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò esi nèle atsuƒe na srɔ̃wò o la, ekema tsi veve sia, si hea fiƒode vaa ame dzi la, megagblẽ nu le ŋutiwò o. Ke ne èda afɔ esime nèle srɔ̃wò gbɔ, nègblẽ kɔ ɖo, eye ŋutsu bubu, ame si menye srɔ̃wò o la de asi ŋuwò la,” ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, “Yehowa nana wò amewo naƒo fi ade wò, eye woagbe nu le gbɔwò; nena be wò ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò. Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.”  “ ‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.” “ ‘Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me. Nunɔla la ana nyɔnu la nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi sia age ɖe eƒe lãme, eye wòana fukpekpe kple vevesese nava eya amea dzi. Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi. Nunɔla la aku nuɖuvɔsa la ƒe asiʋlo ɖeka abe ŋkuɖodzivɔsa ene, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Azɔ la, ana nyɔnu la nano tsi la. Ne nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo, eye meto nyateƒe na srɔ̃a o, evɔ wona wòno tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la, tsi la age ɖe eƒe lãme, eye wòase veve vevie. Eƒe ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ataŋulã aflo ɖa, eye wòazu ɖiŋudonu le eƒe amewo dome. Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia nɛ, eye wòagate ŋu adzi vi. “ ‘Esiae nye ŋuʋaʋãŋutise ne nyɔnu aɖe da afɔ, eye wògblẽ kɔ ɖo, esi wòle atsuƒe, alo ne ŋuʋaʋã xɔ ŋutsu aɖe me, elabena ebu nazã ɖe srɔ̃a ŋu. Nunɔla la ana nyɔnu la natsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume, eye wòawɔ se sia katã me dɔ na nyɔnu la. Womaɖe agɔdzedze aɖeke na srɔ̃ŋutsu la o, gake nu vɔ̃ yomedzenu anɔ nyɔnu la dzi.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/6-9f1f9151eb319bf47cfc6c4b837c01f7.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la, mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o. Ŋkeke ale si wònye Nazaritɔ ko la, maɖu naneke si do tso waintsetse me o; maɖu kuawo alo tsroa gɔ̃ hã o. “ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa. “ ‘Le ɣeyiɣi si me wòɖe eɖokui ɖe aga na Yehowa la, mate ɖe ame kuku ŋu o. Ne eya ŋutɔ fofoa alo dadaa alo nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu gɔ̃ hã ku la, magblẽ kɔ ɖo na eɖokui le wo ta o, elabena eƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi le ta dzi nɛ, eye wokɔ eŋuti na Yehowa to ɣeyiɣi la katã me. “ ‘Ne ame aɖe ku le exa la, ame kuku la gblẽ kɔ ɖo nɛ, ekema ako ta le ŋkeke adre megbe. Ekema eŋuti akɔ tso ale si amea nɔ egbɔ hafi ku la ta. Le ŋkeke enyilia gbe la, ele be wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla le agbadɔ la ƒe mɔnu. Nunɔla la atsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale wòalé avu le ale si wògblẽ kɔ ɖoe la ta. Agbugbɔ eƒe adzɔgbe la aɖe gbe ma gbe, eye wòana eƒe ɖa nagade asi toto me. Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. “ ‘Ne adzɔgbe si wòɖe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga na Yehowa ƒe ɣeyiɣi wu enu la, ele be wòayi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòasa numevɔ na Yehowa kple alẽ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo. Ele be wòagana alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka si de blibo la na ŋutifafavɔsa. Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu. “ ‘Nunɔla la atsɔ nunana siawo ada ɖe Yehowa ŋkume. Atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ana gbã, emegbe la, wòana numevɔsa la. Le esiawo megbe la, atsɔ agbo la hena ŋutifafavɔsa na Yehowa kple abolo maʋamaʋã la ƒe kusi, eye wòawu enu kple nuɖuvɔsa la kple nunovɔsa la. “ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te. “ ‘Le takoko na adzɔgbeɖela la megbe la, nunɔla la atsɔ agbo la ƒe abɔ memee, abolo maʋamaʋãwo kple aboŋgo maʋamaʋãwo dometɔ ɖeka, eye wòatsɔ wo katã ade asi na adzɔgbeɖela la. Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me. “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe ame si ɖe adzɔgbe be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga ɣeyiɣi aɖe na Yehowa kple eƒe vɔsawo ne ɣeyiɣi la wu enu la ŋu. Hekpe ɖe vɔsa siawo ŋu la, ele be adzɔgbeɖela la nagana nu bubu siwo ŋugbe wòdo le eƒe adzɔgbeɖeɣi.’ ” Eye Yehowa ƒo nu kple Mose be, “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be: ‘Ale miayra Israelviwo, agblɔe nye esi: “ ‘ “Yehowa ayra wò, eye wòakpɔ dziwò! Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò, eye wòave nuwò! Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò.” ’ “Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israelviwo ŋu, eye mayra wo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/7-c36bada317b50d78545e40231240fc6b.mp3?version_id=1613,"Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti. Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo. Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.” Ale Mose tsɔ tasiaɖamwo kple nyitsuawo na Levi ƒe viwo. Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo, eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta. Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.” Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi. Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa. Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo si yɔ banaa kple dzudzɔdonu, kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, Ruben ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo. Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke adea gbe la, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, Gad ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke adrea gbe la, Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, Efraim ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, Manase ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Le ŋkeke wuievea gbe la, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, Naftali ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ nunanawo vɛ. Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me; sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye: klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve. Klosalogbawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã, eye klosalogbaawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã; wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram blaeve- vɔ-adre kple afã; sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã. Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae. Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi. Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/8-251000960658b64c2cf611a35f42baa9.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ” Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu. Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi. Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe. Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ. Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu. Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi, ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me. “Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu. Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene! Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye. “Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ. Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene. Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe. Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.” Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu. Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti. Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ. Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o. Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/9-98accdff56ba440eea76520bc9a172a5.mp3?version_id=1613,"Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be, “Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi. Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.” Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe, eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?” Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti. Yehowa ƒe nyametsotsoe nye: “Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve. Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ. “Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi. Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.” Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me. Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me. Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma. Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma. Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo. Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ. Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ. Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ. Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/10-2f71ac5958c9746aefd9f3a5db3fe27e.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho. Ne woku kpẽ eveawo ƒo ƒui la, ameawo anya be, ele be yewoakpe ta le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, ekema kplɔlawo kple Israel ƒe toawo ƒe tatɔwo ava ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme. Ne woku kpẽa la, ekema to siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe la aho. Ne kpẽa gaɖi zi evelia tu ɖe nu la, to siwo le dziehe lɔƒo la hã adze mɔ. Kpẽa ƒe ɖiɖi nye nyanyanana be woadze mɔ. Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko. “Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aku kpẽawo. Esia nye nuɖoanyi na mi tso dzidzime yi dzidzime. Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me. Miku kpẽawo le dzidzɔɣiwo hã. Miku wo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiwo dzi kple dzinu yeye ɖe sia ɖe ƒe Ŋkekenyuiwo dzi. Miku kpẽawo hã ɖe miaƒe numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo hã ŋu, eye woanye ŋkuɖodzi na mi le miaƒe Mawu la ŋkume. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.” Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe. Ale Israelviwo dzo le Sinai gbegbe la. Wodze lilikpo la yome va se ɖe esime wòtɔ ɖe Paran gbegbe la. Esiae nye woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ esi woxɔ Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose tso mɔzɔzɔ la ŋuti. Yuda ƒe to la dze ŋgɔ, nɔ woƒe aflaga la yome. Woƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu. Isaka ƒe to la kplɔ wo ɖo. Woƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu. Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome. Wokaka Agbadɔ la, eye Gerson kple Merari ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome kplɔ wo ɖo. Wokɔ Agbadɔ la ɖe abɔta. Ruben ƒe to la kple woƒe aflaga dze wo yome le woƒe kplɔla Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. To si kplɔ wo ɖo lae nye Gad ƒe to la. Woƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu. Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona. Efraim ƒe to la kplɔ Kohat ƒe viwo ɖo. Wonɔ woƒe aflaga yome le Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Manase ƒe to la nɔ Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo, eye Benyamin ƒe to la nɔ woƒe kplɔla Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo. Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. Aser ƒe to la, ame siwo Pagiel, Okran ƒe viŋutsu kplɔ, kple Naftali ƒe to la, ame siwo Ahira, Enan ƒe viŋutsu kplɔ la dze wo yome. Ɖoɖo sia mee Israelviwo ƒe towo nɔna hezɔa mɔ. Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!” Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.” Mose ɖe kuku nɛ be, “Nɔ mía gbɔ, elabena ènya teƒe siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo, eye ànye ŋku na mí. Ne èkplɔ mí ɖo la, àkpɔ gome le nu nyui siwo katã Yehowa wɔna na mí la me.” Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo. Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo. Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be, “O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ. Na woasi le ŋgɔwò.” Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be, “Yehowa, trɔ gbɔ va Israelvi akpe akpeawo gbɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/11-4b21e62cab4cea95751eb117de8dc675.mp3?version_id=1613,"Ameawo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le woƒe fukpekpewo katã ta. Yehowa see, eye wòdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu le woƒe liʋĩliʋĩlilĩ ta. Ale Yehowa ƒe dzo de asi ame siwo le asaɖa la ƒe mlɔenu la tsɔtsrɔ̃ me. Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi. Tso ɣe ma ɣi dzi la, wona ŋkɔ teƒe la be “Dzobiteƒe,” elabena dzo tso Yehowa gbɔ bi le ameawo dome le afi ma. Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko! Míeɖo ŋku tɔmelã siwo míeɖu le Egipte femaxee kple dzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple ayo dzi. Ke fifia la, míegakpɔa nu siawo o; mana ko míeɖuna gbe sia gbe!” Mana la le ɣie abe bliku ene gake ele gbadzɛe, eye wòvivina abe anyitsibolo ene. Ameawo fɔnɛ le anyigba, tonɛ le to me, ɖanɛ eye wòwɔa tatalĩ si vivina abe tatalĩ si wotɔ le ami me ene. Mana gena kple zãmu ƒe dzadza le zã me. Ƒomewo tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu henɔa avi fam. Mose se woƒe avifafa. Yehowa gado dɔmedzoe ɖe edzi wu, eye Mose hã mekpɔ ŋudzedze le nu sia ŋu o. Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye? Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’ Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa! Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!” Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò. Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o. “Gblɔ na ameawo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti, elabena woakpɔ lã aɖu etsɔ. Gblɔ na wo be, ‘Yehowa se miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo tso nu siwo katã miegblẽ ɖe megbe le Egipte la ŋu, eye wòle lã na ge mi. Miaɖui ŋkeke ɖeka, alo ŋkeke eve, atɔ̃, ewo alo blaeve ko o, ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?” ’ ” Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka! Ne míawu míaƒe lãwo katã hã la, made wo nu o! Ele be míaɖe tɔmelã ɖe sia ɖe tso atsiaƒu me hafi nàte ŋu awɔ wò ŋugbedodo dzi!” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe ka ɣie ŋusẽ vɔ le ŋunye? Azɔ la, miakpɔe ne nye nya nye nyateƒe loo alo alakpa!” Mose dzo le agbadɔ la me, eye wògblɔ Yehowa ƒe nyawo na ameawo. Eƒo ƒu ametsitsi blaadreawo nu, eye wòna woƒo xlã agbadɔ la. Yehowa ɖiɖi le lilikpo la me, ƒo nu kple Mose, eye woɖe gbɔgbɔ si nɔ Mose dzi la ƒe akpa aɖe da ɖe ametsitsi blaadreawo dzi. Esi gbɔgbɔ la ɖiɖi ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi ɣeyiɣi aɖe. Ke ametsitsi blaadreawo dometɔ eve, Eldad kple Medad, ganɔ asaɖa la me ko, eye esi gbɔgbɔ la dze ɖe wo dzi la, wogblɔ nya ɖi le afi ma. Ɖekakpui aɖewo ƒu du yi ɖagblɔ nya si dzɔ la na Mose. Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!” Ke Mose ɖo eŋu be, “Ɖe nèle ŋu ʋãm ɖe nunyea? Ɖe boŋ madi be Yehowa ƒe amewo katã nazu nyagblɔɖilawo, eye Yehowa nada eƒe gbɔgbɔ ɖe wo katã dzi hafi!” Emegbe la, Mose kple Israelviwo ƒe ametsitsiawo trɔ yi asaɖa la me. Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli. Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo. Esi ame sia ame de asi lã la ɖuɖu me la, Yehowa do dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu, eye wòtsɔ dɔvɔ̃ wu ame geɖewo. Eya ta wotsɔ ŋkɔ na teƒe la be Kibrot Hatava, elabena afi mae woɖi ame siwo dzro nuɖuɖu bubu la ɖo. Tso Kibrot Hatava la, ameha la zɔ mɔ yi Hazerot, eye wonɔ afi ma." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/12-841d094c5b6c3fd0f03052ff1c65f3fe.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Miriam kple Aron lĩ Mose ŋu le srɔ̃a, si nye Kus nyɔnu la ta, elabena eɖe Kus nyɔnu. Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia. (Azɔ la, Mose nye ame si bɔbɔ eɖokui wu ame bubu ɖe sia ɖe le anyigba dzi.) Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go. Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ. Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me. Ke esia menye nyateƒe le nye dɔla Mose gome o; ewɔa nuteƒe le nye aƒe blibo la me. Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume. Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o; ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu, atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?” Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eye wotrɔ dzo. Esi lilikpo dodo la ho tso agbadɔ la tame la, anyidɔ ƒo ɖe Miriam ŋuti, eye eƒe ŋuti katã fu kpii abe ɖetifu ene. Aron nye kɔ kpɔe, eye kpɔ ɖa, Miriam dze anyi. Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o. Mègana Miriam nanɔ abe vidzĩ si ku ɖe dadaa ƒe dɔ me hafi wodzii, eye eƒe ŋutilã ƒe afã ƒaƒã hafi wòdo go la ene o.” Mose ƒo koko na Yehowa kple ɣli be, “Da gbe le eŋu, O! Mawu, meɖe kuku na wò!” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ne fofoa nyɔ ta ɖe mo nɛ la, eŋuti makɔ o ŋkeke adre. Mina wòanɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Le ɣeyiɣi sia megbe la, agate ŋu ava asaɖa la me.” Ale woɖe Miriam ɖa le asaɖa la me ŋkeke adre. Ameawo lala, wogakplɔe gbɔe hafi wogayi mɔzɔzɔ la dzi. Le esia megbe la, wodzo le Hazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/13-74345344dad1f1827800a638aa7e4d40.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose azɔ be, “Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.” Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa: Woƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me; Safat, Hori ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me; Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me; Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me; Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me; Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me; Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me; Gadi, Susi ƒe viŋutsu, tso (Yosef ƒomea me) le Manase ƒe to la me. Amiel, Gemali ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me; Setur, Mikael ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me; Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me; kple Geuel, Maki ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me. Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.” Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi, ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o. Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu, ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.) Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ. Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.) Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi. Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta! Le ŋkeke blaene megbe la, wotrɔ gbɔ. Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo. Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia. Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma! Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.” Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.” Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.” Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo. Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/14-3b330485bc98f475bfd3a2c22ae2c4ec.mp3?version_id=1613,"Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la. Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ! Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?” Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!” Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume. Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo, hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ. Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí. Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.” Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã. Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe? Womaganye nye domenyilawo o. Matsrɔ̃ wo kple dɔvɔ̃. Mana dukɔ si alolo sãa, eye wòasẽ ŋu sãa wu Israel la nado tso mewò!” Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie. Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa. Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be, ‘Enɔ na Yehowa be wòawu wo, elabena mete ŋu kpɔ wo ta le gbedzi o. Ŋusẽ menɔ eŋu be wòate ŋu akplɔ wo ayi anyigba si wòka atam be yeatsɔ ana wo la dzi o.’ “Azɔ la, wòaɖe Yehowa ƒe ŋusẽ afia abe ale si nèɖe gbeƒãe ene: ‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’ O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.” Yehowa ɖo eŋu be, “Metsɔe ke wo abe ale si nèbia ene. Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la, nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o. Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme. Azɔ la, esi Israelviwo le vɔvɔ̃m nenema gbegbe na Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le baliawo me ta la, etsɔ la, ele na mi be miagatrɔ ayi gbedzi, aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi. Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi. Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome. Ke miawo la, miaku ɖe gbe sia dzi. Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi. Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’ Nye, Yehowa, meƒo nu, eye mawɔ nu siawo ameha vɔ̃ɖi blibo la, ameha si bla ɖe ŋunye la kokoko. Woƒe nuwuwu aɖo le gbegbe sia dzi; afi siae woaku ɖo.” Ale ame siwo Mose ɖo ɖa be woatsa ŋku le anyigba la dzi, eye wogbɔ va na ameha blibo la lĩ liʋĩliʋĩ ɖe eŋu to nutsotso vɔ̃ nana tso anyigba la ŋuti me la, ame siwo na nutsotso vɔ̃ tso anyigba la ŋu la, woƒo wo ƒu anyi, eye woku le dɔvɔ̃ ta le Yehowa ŋkume. Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome. Esi Mose gblɔ nya siwo Yehowa gblɔ nɛ la na Israelviwo la, nuxaxa gã aɖe ge ɖe asaɖa blibo la me. Wofɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Ameawo gblɔ be, “Míedze sii be míewɔ nu vɔ̃, ke míele klalo azɔ be, míayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi!” Ke Mose gblɔ be, “Nu ka ŋuti miele tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la ŋu? Mele edzi dze ge o! Migazɔ ɖe miaƒe ɖoɖowo nu o; ne menye nenema o la, miaƒe futɔwo aɖu mia dzi, elabena Yehowa mele mia yome o. Mieɖo ŋku edzi oa? Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le afi ma eye miatsi yi nu! Miegbugbɔ le Yehowa yome. Azɔ la, eya hã agbugbɔ le mia yome.” Ke togbɔ be Yehowa ƒe nubablaɖaka la loo alo Mose medzo le asaɖa la me o hã la, ameawo dze mɔ yi toawo dzi. Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/15-8efacbd8f37bd2418611fc99c5cd6efe.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi, eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la, ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa, eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu. “ ‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu. “ ‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la, ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu. Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu. Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema. Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu. “ ‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene. Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna. Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi, eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa. Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe. To dzidzime siwo ava me la, ele be miasa vɔ sia na Yehowa tso miaƒe luwɔ gbãtɔwo me.’ ” “ ‘Ne miawo alo miaƒe dzidzimeviwo da vo, eye womewɔ se siwo katã Yehowa de na mi le ƒeawo me to Mose dzi la dzi o la, Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me, eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu. Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume. Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me. “ ‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã. “ ‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. Esi wòdo vlo Yehowa ƒe sewo abe nu ɖowɔ ene, eye wònya nyuie hafi da le eƒe se dzi la, ele be woawui, eye eƒe nu vɔ̃ anɔ eya ŋutɔ dzi.’ ” Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi. Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume. Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.” Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu. Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o. Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi do goe tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/16-1a0355181e91fd409d9b081ea9a88708.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la wɔ ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me. Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo. Woyi Mose kple Aron gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Miaƒe asitɔakɔnyawo va ti kɔ na mí azɔ. Mienyo wu ame bubu aɖeke o. Israelvi ɖe sia ɖe nye Yehowa ƒe ame tiatia, eye wòli kpli mí katã. Mɔ ka miekpɔ be miado mia ɖokuiwo ɖe dzi, agblɔ be ele be míaɖo to mi, eye mianɔ wɔwɔm abe ɖe mielolo wu Yehowa ƒe ame siawo dometɔ aɖe ene?” Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi. Egblɔ na Korah kple ame siwo le eŋu la be, “Le ŋdi la, Yehowa afia ame siwo nye etɔwo, ame si le kɔkɔe kple ame si wòtia abe nunɔla ene la mi. Ele be wò, Korah kple yowòmedzelawo katã miawɔ ale: Mitsɔ dzudzɔdosonuwo, eye etsɔ la, miade dzo kple lifi wo me le Yehowa ŋkume. Ame si Yehowa atia lae anye ame si le kɔkɔe. Mi Levi ƒe viwo, mia tɔ gbɔ eme.” Mose gblɔ na Korah be, “Azɔ, mi Levi ƒe viwo, miɖo to. Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa? Ɖe ale si wòtsɔ dɔ sia de asi na mi Levi ƒe viwo ɖeɖe ko la mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, ɖe miele didim be yewoazu nunɔlawo hã mahã? Yehowa ŋue mi kple mia yomedzelawo katã miebla ɖo. Ame kae nye Aron be mialĩ liʋĩliʋĩ le eŋu?” Mose ɖo du ɖe Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo, ke wogblɔ be, “Míegbɔna o!” Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia? Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!” Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.” Mose gblɔ na Korah be, “Miva afi sia etsɔ, wò kple yowòmedzelawo katã, eye miado ɖe Yehowa ŋkume; Aron hã anɔ afi sia. Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃ (250), eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. Wò kple Aron hã, miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi vɛ.” Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo vɛ, ɖe dzo ɖe wo me, kɔ dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron. Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Miɖe mia ɖokuiwo ɖa le ame siawo dome ale be matsrɔ̃ wo enumake.” Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?” Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na ƒuƒoƒe la be, ‘Mite ɖa tso Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.’ ” Ale Mose ɖe abla yi Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ, eye Israel ƒe dumemetsitsiwo kplɔe ɖo. Mose xlɔ̃ nu ameha la be, “Miɖe abla miadzo le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔwo gbɔ; migaka asi woƒe naneke ŋu o, ne menye nenema o la, abala míawo hã, eye Yehowa atsrɔ̃ miawo hã ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.” Ale ameawo katã te ɖa le Korah, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ. Datan kple Abiram do go tso woƒe agbadɔwo me, eye wotsi tsitre ɖe woƒe agbadɔwo ƒe mɔnu kple wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vi suewo. Eye Mose gblɔ be, “To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o. Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o. Gake nenye be Yehowa ana nu yeye aɖe kura nadzɔ, anyigba nake nu ami wo kple nu sia nu si nye wo tɔ, eye woayi tsiẽƒe agbagbee la, ekema mianya be ŋutsu siawo wɔ nu tovo ɖe Yehowa ŋu.” Esi Mose wu nya siawo nu teti ko la, anyigba la wo le wo te zi ɖeka, eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã hã. Ale woyi tsiẽƒe agbagbe kple woƒe nunɔamesiwo katã, eye anyigba tu ɖe wo nu, hetsrɔ̃ wo, eye wodo ɖa le ameha la dome. Esi ame siwo yi tsiẽƒe la nɔ ɣli dom la, Israelvi siwo katã ƒo xlã wo la de asi sisi me henɔ ɣli dom be, “Anyigba le míawo hã mi ge.” Dzo ge tso Yehowa gbɔ va fia ame alafa eve blaatɔ̃ (250) siwo nɔ dzudzɔ dom. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Eleazar, Aron, nunɔla la ƒe viŋutsu be wòaɖe dzudzɔdonu mawo le dzo la me, eye wòakaka akawo ɖe teƒe didi aɖe, elabena dzoɖesonuawo le kɔkɔe tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.” Ale nunɔla Eleazar tsɔ akɔblidzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ la tu ga ɖeka hena vɔsamlekpui la dzi tsyɔtsyɔ be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi. Esi ŋu ke ŋdi la, Israelviwo katã gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mose kple Aron ŋu, henɔ gbɔgblɔm be, “Miewu Yehowa ƒe amewo.” Ale ameha gã aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la. Mose kple Aron yi agbadɔ la ŋgɔ, eye Yehowa gblɔ na Mose be. “Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake.” Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.” Aron wɔ nu si Mose ɖo nɛ. Eƒu du yi ameawo dome, elabena dɔvɔ̃ la to xoxo. Etɔ dzo dzudzɔdonu la, eye wòlé avu ɖe wo nu. Etsi tsitre ɖe ame kukuawo kple agbagbeawo dome, eye dɔvɔ̃ la nu tso, ke ame akpe wuiene alafa adre (14,700) ku xoxo kpe ɖe ame siwo ku kple Korah le ŋkeke si do ŋgɔ la ŋu. Aron trɔ va Mose gbɔ le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale dɔvɔ̃ la nu tso." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/17-32ff42e531bfaa1d6b4cd9a29669c7e2.mp3?version_id=1613,"Emegbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la vɛ na wò. Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi. Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me, afi si medoa go wò le, le nubablaɖaka la ŋgɔ. Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ” Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron hã nɔ la, tsɔ atikplɔ ɖeka vɛ. Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me. Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu! Esi Mose kɔ atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame xɔ eƒe atikplɔ negbe Aron ko. Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o. Ale Mose wɔ nu siwo Yehowa ɖo nɛ. Israelviwo gblɔ na Mose be, “Míaku! Míebu, mí katã míebu! Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/18-fd63e3200a9235ad568d00a7259b3f12.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒo nu na Aron azɔ gblɔ be, “Enye wò kple viwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo ƒe dɔdeasi be miakpɔ egbɔ be, nu kɔkɔe aɖeke mezu nu makɔmakɔ o, eye anye miawo ƒe vodada ne kpɔtsɔtsɔ aɖe ava miaƒe nunɔladɔwo wɔwɔ ŋuti. Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ. Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku. Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o. “Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o. Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me. Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.” Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu. Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo. Ŋutsuwo koe aɖu wo, eye teƒe kɔkɔe aɖe ko woaɖu wo le. “Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko. “Nenema ke kutsetse gbãtɔ siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa abe ami, wain kple lu nyuitɔwo kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o. “Nu sia nu si le Israel, si ŋu wokɔ, ɖe ɖe aga na Yehowa la nye tɔwò. Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta. Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. “Ke womaxe fe ɖe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ta o; elabena wole kɔkɔe. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye nàtɔ dzo ami la abe dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la ene na Yehowa. Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu. Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.” Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome. “Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta. Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku. Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o, elabena Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia si wotsɔ na Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la anye Levi ƒe viwo tɔ. Eya ta megblɔ na wo be, ‘Domenyinu manɔ wo si le Israelviwo dome o.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene. Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene. Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la. Ele be miatsɔ nu sia nu si wona la ƒe akpa nyuitɔ kple kɔkɔetɔ ana Yehowa abe eƒe ɖuƒe ene.’ “Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene. Aron kple via ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo aɖui le woƒe aƒewo me alo le teƒe ɖe sia ɖe si adze wo ŋu, elabena eyae nye woƒe fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔ le agbadɔ la me ta. Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/19-79e51129c9a6b83be9e9657eae333f0e.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi. Mitsɔe na nunɔla Eleazar, miana wòahee ayi asaɖa la godo, eye wòana ame aɖe nawui le eŋkume. Ekema nunɔla Eleazar ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu lɔƒo. Le esia megbe la, wòana woatɔ dzo nyinɔ la, eƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple eƒe afɔdzi siaa le eŋkume. Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me. Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Ame si tɔ dzo lã la hã anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eya hã ŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. “Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa. Ame si ƒo ƒu nyinɔ la ƒe afi la anya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Esia nye se na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la tegbetegbe. “Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre. Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu. Ame sia ame si aka asi ame kuku aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu le mɔ sia dzi o la gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe agbadɔ la, eye woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Womehlẽ tsi kɔkɔe la ɖe eŋu o, eya ta makɔmakɔnyenye la gale eŋu ko. “Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre. Nu sia nu si nu nutunu mele o la ŋuti mekɔ o. “Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre. “Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me. Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu. Woawɔ nu sia le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbewo. Emegbe la, amea anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti akɔ le fiẽ. “Ke ne ame aɖe ŋuti mekɔ o, gake wògbe be yemakɔ ye ɖokui ŋuti o la, woaɖee ɖa le ha me, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la, eye esi womehlẽ ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o ta la, eŋuti mekɔ o. Esia nye se na mi tegbetegbe. Ele be ame si hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe amea ŋu la nanya eƒe awuwo emegbe. Ame sia ame si ka asi tsi la ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/20-6de65f558fd9c58d21931a0ed6c1937a.mp3?version_id=1613,"Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma. Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi, eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi! Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃! Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!” Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo. Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.” Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume. Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?” Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no. Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!” Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume. Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be, “Míawoe nye nɔviwò Israel ƒe dzidzimeviwo. Ènya ale si míaƒe ŋutinya wɔ nublanuii, ale si mía tɔgbuiwo yi Egipte, nɔ afi ma ƒe geɖewo, eye wozu kluviwo na Egiptetɔwo. Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte. “Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi. Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.” Ke Edom fia gblɔ na wo be, “Migaɖo afɔ nye anyigba dzi o! Ne mietee kpɔ be yewoaɖo afɔ nye anyigba dzi la, nye aʋakɔ akpe aʋa kpli mi!” Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.” Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be, “Migage ɖe nye anyigba dzi o.” Ena aʋakɔ gã aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe eƒe liƒo dzi. Esi Edom gbe be womato yeƒe anyigba dzi o ta la, Israelviwo glɔ̃ mɔ to Edom ŋu. Israelviwo ƒe ha blibo la ho, dze mɔ tso Kades, eye wova ɖo Hor to la gbɔ. Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta. Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi. Ɖe Aron ƒe nunɔlawuwo le eŋuti, eye nàdo wo na via, Eleazar. Aron aku ɖe afi ma.” Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm. Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ, eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/21-140607b73c189e914bee5581e7f40673.mp3?version_id=1613,"Arad fia, tso Kanaanyigba dzi ƒe ŋkutsalawo to mɔ ɖeka kple Israelviwo. Esi Arad fia se be Israelviwo to Atarim mɔ gbɔna la, eho aʋa ɖe Israelviwo ŋu, eye wòɖe aboyo woƒe ame aɖewo. Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu. Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.” Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ. Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.” Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku. Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta. Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!” Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe. Israelviwo tso afi sia yi Obot. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. Tso Obot la, woyi Iye Abarim le gbedzi afi si te ɖe Moab ƒe ɣedzeƒe ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime. Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome. Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be, Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la, tɔʋu la me tsi, si ɖo ta Ar nutowo me eye wòdo liƒo na Moabtɔwo. Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.” Israel dzi ha be, “Dzi tsi, O vudo! Midzi ha tso tsi la ŋu! Esiae nye vudo si amegãwo kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔwo kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.” Wodzo le gbegbe la, eye woto Matana, Nahaliel kple Bamot, eye woyi balime si le Moab ƒe togbɛwo te, afi si gbegbe la kple Pisga to dzena le tso adzɔge. Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ. Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.” Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz. Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo. Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme. Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon. Eya ta hakpala la gblɔ be, “Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu, na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te. “Elabena dzo do tso Hesbon, dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me. Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo, baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ mi, Kemostɔwo! Ena via ŋutsuwo zu sisilawo, eye via nyɔnuwo zu aboyomewo na Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia. “Ke míawo míeɖu wo dzi wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon míegbã wo yi keke Nofa, yi kekeke Medeba.” Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi. Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.” Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/22-891132bf1cdc174f50959a5ee9846e32.mp3?version_id=1613,"Israelviwo zɔ mɔ azɔ yi Moab tagba, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Yeriko kasa. Azɔ la, Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu kpɔ nu si Israelviwo wɔ Amoritɔwo, eye vɔvɔ̃ ɖo Moab, elabena ameawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Nyateƒe, dzidzi ƒo Moab le Israelviwo ŋu. Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.” Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la, ɖo amewo ɖa be woayɔ Balaam, Beor ƒe viŋutsu, ame si nɔ Petor, afi si te ɖe tɔsisi la ŋu vɛ. Balak gblɔ be, “Dukɔ aɖe tso Egipte; wotsyɔ anyigba ŋkume, eye wole teƒe aɖe si te ɖe ŋunye. Azɔ la, va nàƒo fi ade ame siawo, elabena wosẽ akpa na mí. Ekema, ɖewohĩ, mate ŋu aɖu wo dzi, eye manya wo dzoe le anyigba la dzi. Elabena menya be ame siwo nèyrana la kpɔa yayra, eye ame siwo nèƒoa fi dena la kpɔa fiƒode.” Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie. Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ. Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?” Balaam ɖo eŋu na Mawu be, “Wotso Balak, Moab fia gbɔ. Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.” Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!” Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.” Ale Fia Balak ƒe ame dɔdɔwo trɔ dzo, Balaam medze wo yome o. Esi woka nya la ta na Balak la, egadɔ amewo ɖe Balaam. Eƒe ame dɔdɔwo sɔ gbɔ azɔ, eye wonye ame ŋkutawo wu ame dɔdɔ gbãtɔwo. Woyi Balaam gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Esiae nye nya si Balak, Zipɔr ƒe viŋutsu gblɔ, ‘Mègana naneke naxe mɔ na wò be màva gbɔnye o, elabena maxe fe na wò nyuie, eye mawɔ nu sia nu si nàgblɔ nam be mawɔ. Va, nàƒo fi ade ame siawo nam.’ ” Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o. Mitsi afi sia dɔ ale be makpɔe ɖa be Yehowa agatsɔ nane akpe ɖe nya si wògblɔ nam zi gbãtɔ la ŋu mahã.” Le zã me la, Mawu gblɔ na Balaam be, “Fɔ, nàyi kple ame siawo, ke kpɔ nyuie be, nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la ko.” Ale le ŋdi la, Balaam lia eƒe tedzi dzi, eye wòdze ameawo yome. Ke Mawu do dɔmedzoe ŋutɔ esi Balaam yina, eye Yehowa ƒe dɔla tsi tsitre ɖe mɔa dzi be yeatsi tsitre ɖe eŋu. Ke Balaam nɔ eƒe tedzi dzi, eye eƒe subɔla eve nɔ eŋu. Esi tedzi la kpɔ Yehowa ƒe dɔla wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye yi le esi la, edzo le mɔa dzi yi gbe me. Balaam ƒoe be wòatrɔ ayi mɔ la dzi. Azɔ la, mawudɔla la tsi tsitre ɖe afi si mɔ la to waingble eve ƒe glikpɔwo dome le. Esi tedzi la kpɔe wònɔ tsitre ɖe afi ma la, edze nɛ to glikpɔ ɖeka ŋu tututu, eye wòna Balaam ƒe afɔwo lili ɖe glikpɔ la ŋu. Ale Balaam gaƒoe. Mawudɔla la gayi ɖatsi tsitre ɖe teƒe aɖe, afi si mɔa xaxa le ale gbegbe be tedzi la magate ŋu ato exa kura o. Ale tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔ la dzi. Balaam do dɔmedzoe vevie, eye wòƒo tedzi la kple eƒe atikplɔ. Tete Yehowa na be tedzi la nate ŋu aƒo nu. Tedzi la bia Balaam be, “Nu ka mewɔ si na be nàƒom zi etɔ̃?” Balaam do ɣli ɖe tedzi la ta be, “Elabena èdo lãm! Ɖe yi aɖe anɔ asinye hafi; anye ne mawu wò.” Tedzi la gabiae be, “Ɖe mewɔ nu sia tɔgbi aɖe kpɔ le nye agbenɔnɔ blibo mea?” Balaam ɖo eŋu be, “Ao.” Tete Yehowa ʋu Balaam ƒe ŋkuwo. Ekpɔ mawudɔla la wòtsi tsitre ɖe mɔa dzi, eye wòlé yi ɖe asi. Enumake Balaam mlɔ anyigba le mawudɔla la ŋkume. Mawudɔla la bia Balaam be, “Nu ka ta nèƒo wò tedzi la zi etɔ̃? Meva be mana màgawɔ nu si nèdi be yeawɔ o, elabena èɖo ta tsɔtsrɔ̃ me. Wò tedzi la kpɔm zi etɔ̃, eye wòte ɖa le gbɔnye zi etɔ̃. Ne menye ɖe wòdze nam o la, anye ne mewu wò xoxo, ke mana eya natsi agbe.” Balaam ʋu eme na mawudɔla la be, “Mewɔ nu vɔ̃. Nyemenya be ènɔ afi ma o. Ne mèdi be magayi nye mɔzɔzɔ la dzi o la, matrɔ ayi aƒe.” Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Yi kple ameawo, gake nàgblɔ nu si meɖo na wò be nàgblɔ la ko.” Ale Balaam yi kple Balak ƒe ameawo. Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi. Balak bia Balaam be, “Nu ka ta nètsi anyi wòdidi alea hafi nèva ɖo? Medo ŋugbe na wò be made bubu gã ŋuwò. Ɖe mèxɔe se oa?” Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.” Balaam kple Balak dze fia la yome yi Kiriat Huzot. Fia Balak tsɔ nyitsuwo kple alẽwo sa vɔe le afi ma, eye wòtsɔ lãwo na ame dɔdɔwo kple Balaam hena woawo hã ƒe vɔsawo. Esi ŋu ke ŋdi la, Fia Balak kplɔ Balaam yi Bamɔt Baal to la dzi, afi si Balaam ate ŋu akpɔ Israelviwo wogbagba ɖe anyigba la me le eŋkume le." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/23-5d393de8795f9c99ba82e2c14e9175ef.mp3?version_id=1613,"Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.” Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi. Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.” Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak. Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ. Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’ Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la, aleke nye ya maƒo fi ade woe? Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la, aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe? Mele wo kpɔm tso agakpe tame. Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi, wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe. Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o. Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi, alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!” Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!” Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?” Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!” Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.” Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.” Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le. Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?” Balaam ɖo eŋu be, “Balak, Tsi tsitre eye nàsee: Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi. Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa? Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam be mayra Israelviwo. Mawu ŋutɔ yra wo xoxo, nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o! “Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o: mawɔ funyafunya Israel o! Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo. Eye dzidzɔɣli le wo nu, eyae nye woƒe fia! Mawu kplɔ wo tso Egipte; Israel sẽ abe to ene. Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o, dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo! Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene; womamlɔ anyi o. Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé. Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ” Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!” Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?” Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.” Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame. Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe. Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/24-81a95d387facb2d0e6348cb114c680ad.mp3?version_id=1613,"Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la. Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi, eye wògblɔ nya ɖi be, “Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be: ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi, ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo. “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo! “Wokeke abe balimewo ene. Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene. Wole abe aloe si Yehowa do ene. Wole abe sedati le tɔwo to ene. Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me. Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag. Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi. “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo. Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!” Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃. Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!” Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ! “Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!” Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ: “Balaam, Beor ƒe viŋutsue nye ame si ƒe ŋkuwo woʋu! Esea Mawu ƒe nyawo, nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi. Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ. Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu. “Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo. Israel axɔ Edom kple Seir siaa; woaɖu woƒe futɔwo dzi. Ke Israel akpɔ ŋusẽ dziɖula atso Yakob, eye wòagbã du geɖewo.” Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be, “Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!” Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be, “Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe, èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me, ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo. Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!” Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be, “Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe ne Mawu wɔ nu sia? Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.” Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/25-463ad500b9e74a3502f5b6249c5467b7.mp3?version_id=1613,"Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo. Ɖetugbi siawo kplɔa wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsawo teƒewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ɖekakpuiawo megadea vɔsawo teƒewo ɖeɖe ko o, ke boŋ wodea ta agu na woƒe legbawo. Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu. Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.” Ale Mose ɖe gbe na Israel ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ame siwo katã subɔ Baal Peor. Gbe ɖeka la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian ɖetugbi aɖe amemabumabutɔe va asaɖa la me le Mose kple ameawo katã ŋkume, esime wonɔ avi fam le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. Esi Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi kpɔ nu sia la, etso zia, tsɔ akplɔ, ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo. Yehowa gblɔ na Mose be, “Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o. Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii. Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu.” Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu. Ɖetugbi la ŋkɔe nye Kozbi si nye Zur, Midiantɔwo ƒe fiavi aɖe ƒe vinyɔnu. Yehowa gblɔ na Mose be, “Miwɔ Midiantɔwo abe miaƒe futɔwo ene, eye miawu wo, elabena wole mia tsrɔ̃m kple woƒe nu vɔ̃wo. Wona miele Baal subɔm, eye wona miele mɔ tram hele dɔvɔ̃ lém abe ale si miekpɔe fifi laa to Kozbi ƒe ku me ene.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/26-93402373f59d1b0f591aaebd290b56e5.mp3?version_id=1613,"Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, si nye nunɔla Aron ƒe viŋutsu be, “Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.” Ale le Moab tagba, le Yɔdan gbɔ tso Yeriko, Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo, eye wogblɔ be, “Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.” Woawoe nye Israelvi siwo ʋu tso Egiptenyigba dzi. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la, Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la, Karmi, ame si dzi Karmi hlɔ̃ la. Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃ (43,730). Palu ƒe vie nye Eliab, eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu. Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o. Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Nemuel, ame si dzi Nemuel hlɔ̃ la, Yamin, ame si dzi Yamin hlɔ̃ la, Yakin, ame si dzi Yakin hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Saul, ame si dzi Saul hlɔ̃ la. Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve (22,200). Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la, Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la, Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la, Ozni, ame si dzi Ozni hlɔ̃ la, Eri, ame si dzi Eri hlɔ̃ la, Arɔd, ame si dzi Arɔd hlɔ̃ la, Areli, ame si dzi Areli hlɔ̃ la. Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500). Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi. Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sela, ame si dzi Sela hlɔ̃ la, Perez, ame si dzi Perez hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la; Hamul, ame si dzi Hamul hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (76,500). Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye: Tola, ame si dzi Tola hlɔ̃ la, Puva, ame si dzi Puva hlɔ̃ la. Yasub, ame si dzi Yasub hlɔ̃ la; Simrɔn, ame si dzi Simrɔn hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃ (64,300). Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye: Sered, ame si dzi Sered hlɔ̃ la, Elon, ame si dzi Elon hlɔ̃ la, Yahlil, ame si dzi Yahlil hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃ (60,500). Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim: Manase ƒe viŋutsuwoe nye: Makir, ame si dzi Makir hlɔ̃ la (Makir dzi Gilead), eye Gilead hlɔ̃ la. Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo. Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Helek, ame si dzi Helek hlɔ̃ la, Asriel, ame si dzi Asriel hlɔ̃ la, Sekem, ame si dzi Sekem hlɔ̃ la, Semida, ame si dzi Semida hlɔ̃ la, Hefer, ame si dzi Hefer hlɔ̃ la, (Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.) Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre (52,700). Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sutela, ame si dzi Sutela hlɔ̃ la, Beker, ame si dzi Beker hlɔ̃ la, Tahan, ame si dzi Tahan hlɔ̃ la. Sutela vi nye Eran, ame si dzi Eran hlɔ̃ la. Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃ (32,500). Esiawoe nye Yosef ƒe viwo le woƒe hlɔ̃wo nu. Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Bela, ame si dzi Bela hlɔ̃ la, Asbel, ame si dzi Asbel hlɔ̃ la, Ahiram, ame si dzi Ahiram hlɔ̃ la, Sefufam, ame si dzi Sefufam hlɔ̃ la, Hufam, ame si dzi Hufam hlɔ̃ la, Bela viwoe nye Ard kple Naaman: Ard, ame si dzi Ard hlɔ̃ la, Naaman, ame si dzi Naaman hlɔ̃ la. Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade (45,600). Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu: Suham, ame si dzi Suham hlɔ̃ la. Esiae nye Dan ƒe hlɔ̃wo: Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene (64,400). Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Imna, ame si dzi Imna hlɔ̃ la, Isvi, ame si dzi Isvi hlɔ̃ la, Beria, ame si dzi Beria hlɔ̃ la. Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me: Heber hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe viŋutsu Heber me, Malxiel hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe vi Malxiel me. Aser ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Sera. Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400). Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Yahzil, ame si dzi Yahzil hlɔ̃ la, Guni, ame si dzi Guni hlɔ̃ la, Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Silem, ame si dzi Silem hlɔ̃ la. Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene (45,400). Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃ (601,730). Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be, “Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene. To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue. Yehowa ɖo na Mose be, Kpɔ egbɔ be yewodzidze nu hafi ma anyigba la, eye woaxɔ domenyinu ɖe wo fofowo ƒe towo ƒe ŋkɔ nu. Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.” Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye: Gerson dzi Gerson hlɔ̃; Kohat dzi Kohat hlɔ̃; Merari dzi Merari hlɔ̃. Levi ƒomea me tɔwoe nye, Libni ƒomea, Hebroni ƒomea, Mahli ƒomea, Musi ƒomea kple Korah ƒomea. (Kohat nye Amram tɔgbui. Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte. Aron ƒe viŋutsuwoe nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.) Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000). Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o. Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o. Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/27-b9fab6265b33368159db85d60340067a.mp3?version_id=1613,"Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be, “Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o. Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.” Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo. “Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me. Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me. Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ. Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’ ” Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi. Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene, elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.) Mose gblɔ na Yehowa be, “O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo, ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la, yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume. Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe. Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.” Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la, Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/28-65e172aef73739948f755b2293efd0ef.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’ Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe. Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me. Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka. Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ. Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume. Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia hã nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa. “Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami. Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu.” “Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me. Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la, eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me. “Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti. “Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi. Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo. Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu, eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta. Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. “Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko. Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta. Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/29-7cd274d1952c51704365a351fb67b0eb.mp3?version_id=1613,"“Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o. Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu. Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta. Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.” “Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o. Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu, eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.” “Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze. Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. “Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu. “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. “Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe. Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. “Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo. Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. “Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ. Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu. “Ele na mi be miasa vɔ siawo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiɖuɣiwo dzi kpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖevɔsawo, lɔlɔ̃nuvɔsawo, numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, nunovɔsawo kple ŋutifafavɔsawo ŋu.” Ale Mose de se siawo katã na Israelviwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/30-03cb58993a2a14a2e730fc34750324f5.mp3?version_id=1613,"Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi. Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi. “Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o, eye fofoa nya nu tso ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la kple tohehe siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe la ŋuti ŋu, gake megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be ɖetugbi la nawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o. “Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la, ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. “Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. “Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe, ne srɔ̃ŋutsu la se nu tso srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe la ŋu, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o. Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi. Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.” Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/31-42523dd69e6f1d281719c57475a65244.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Bia hlɔ̃ Midiantɔwo le ale si wokplɔ mi de trɔ̃subɔsubɔ me la ta. Le esia megbe la, àku.” Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa. Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.” Ale ŋutsu akpe wuieve (12,000) bla akpa ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu, ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me. Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsue nye woƒe aʋakplɔla. Nubablaɖaka la yi kpli wo le esime kpẽwo nɔ ɖiɖim. Wowu Midian ŋutsu ɖe sia ɖe le aʋa la me. Wowu Midian fia atɔ̃awo katã, Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Wowu Balaam, Beor ƒe viŋutsu la hã. Israelviwo ƒe aʋakɔ la ɖe aboyo Midiantɔwo ƒe nyɔnuwo kple ɖeviwo katã, eye woha woƒe lãwo kple woƒe kesinɔnu geɖewo. Wotɔ dzo Midiantɔwo ƒe duwo kple kɔƒewo katã, woɖe aboyo amewo, eye woha woƒe lãwo katã. Wotsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo katã vɛ na Mose kple nunɔla Eleazar kple Israelvi bubu siwo nɔ asaɖa la me le Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to, le Yeriko kasa. Mose kple nunɔla Eleazar kple ameawo ƒe kplɔla bubuawo katã do go yi ɖakpe aʋakɔ la, ke Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔlawo kple aʋalɔgonunɔlawo ŋu. Ebia wo be, “Nu ka ta miena nyɔnuawo katã tsi agbe? Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ. Miwu ŋutsuviwo katã kple nyɔnu siwo dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la fifi laa! Mina nyɔnuvi suewo ya nanɔ agbe, eye woazu mia tɔ. “Azɔ la, mi ame siwo katã wu ame aɖe alo ka asi ame kuku aɖe ŋu la, minɔ asaɖa la godo ŋkeke adre. Mikɔ mia ɖokuiwo kple nyɔnuvi sueawo ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe. Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.” Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose ‘Nu sia nu si ate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu abe sika, klosalo, akɔbli, gaɣi alo tsumi ene la, woade wo dzo me ale be woakɔ wo ŋu. Emegbe la, woagakɔ wo ŋu kple tsi kɔkɔe. Ke woatsɔ tsi kɔkɔe ko akɔ nu siwo mate ŋu anɔ te ɖe dzoxɔxɔ nu o la ŋuti.’ Le ŋkeke adrelia gbe la, mianya miaƒe awuwo, eye mia ŋuti akɔ ekema miagatrɔ ava asaɖa la me.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Wò kple nunɔla Eleazar kple ƒomeawo ƒe tatɔ siwo le dukɔa me la miaxlẽ amewo kple lã siwo katã wolé le aʋa. Le esia megbe la, miama afunyinuawo ɖe asrafo siwo de aʋa kple ameha mamlɛawo dome. Mixɔ nu sia nu si asrafoawo xɔ la ƒe ɖeka le alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe me abe nunana ene na Yehowa, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo loo alo gbɔ̃wo o. Mixɔ nunana sia ƒe afã le wo si, eye miatsɔe na nunɔla Eleazar abe Yehowa ƒe gome ene. Tso nu siwo ke Israelviwo xɔ ƒe afã me la, tia ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe me, eɖanye amegbetɔ, nyiwo, tedziwo, alẽwo, gbɔ̃wo loo alo lã bubuwo o. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo, ame siwo kpɔa Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe nyawo gbɔ.” Ale Mose kple nunɔla Eleazar wowɔ se siwo Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi. Aʋadelawo tsɔ sikanu kple awu siwo woha la na wo ɖokui. Nu bubu siwo woha la woe nye alẽ akpe alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675,000), nyi akpe blaadre-vɔ-eve (72,000), tedzi akpe blaade-vɔ-ɖekɛ (61,000) kple nyɔnuvi akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000). Nu siawo ƒe afã, si wotsɔ na aʋadelawoe nye: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre alafa atɔ̃ (337,500), wotsɔ wo dome alafa ade, blaadre-vɔ-atɔ̃ (675) na Yehowa; nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), wotsɔ wo dome blaadre-vɔ-eve na Yehowa, tedzi akpe blaetɔ̃, alafa atɔ (30,500), wotsɔ wo dome blaade-vɔ-ɖekɛ na Yehowa; nyɔnuvi akpe wuiade (16,000), wotsɔ wo dome blaetɔ̃-vɔ-eve, siwo nye Yehowa tɔ la na Levi ƒe viwo. Wotsɔ nu siwo katã nye Yehowa tɔ la na nunɔla Eleazar, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Mose tsɔ nu siwo woha le aʋa me la ƒe afã na Israelviwo eye afã bubu na aʋadelawo. Afã mamlɛa, si wotsɔ na Israelviwo la yi ale: alẽ akpe alafa etɔ̃, blaetɔ̃-vɔ-adre, alafa atɔ̃ (337,500), nyi akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000), tedzi akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃ (30,500) kple nyɔnuvi akpe wuiade (16,000). Le Yehowa ƒe ɖoɖowo nu la, Mose tsɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe blaatɔ̃lia ƒe ɖeka le Israelviwo tɔ ŋu hena Levi ƒe viwo, ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe agbadɔ la me. Aʋakplɔla siwo le aʋalɔgowo nu, esiwo le ŋutsu akpewo nu kple esiwo le ŋutsu alafawo nu la yi Mose gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Wò dɔlawo xlẽ asrafo siwo le mía te la, eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mebu o. Eya ta míetsɔ akpedavɔsa tɔxɛ vɛ na Yehowa tso nu siwo míeha la me, woawoe nye sika, alɔnugɛwo, afɔgɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔsɔkɔsɔwo. Míetsɔ nu siawo hena avuléle le Yehowa ŋkume ɖe míaƒe luʋɔwo ta.” Mose kple nunɔla Eleazar woxɔ sika kple aɖaŋunuwɔwɔwo le wo si. Sika si woxɔ tso asrafo akpewo nunɔlawo kple asrafo alafawo nunɔlawo si, eye Mose kple Eleazar tsɔ wo na Yehowa la ƒe kpekpemee nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ (190). Asrafoawo tsɔ nu siawo ƒe ɖe na wo ɖokuiwo xoxo. Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/32-72d9a8420d2b3f1085a987adee94b37c.mp3?version_id=1613,"Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi. Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be, “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe anyigba siwo Yehowa xɔ le Israelviwo ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si. Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.” Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa? Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa? Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi. Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be, ‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o. Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ. “Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi. Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!” Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia. Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o. Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi. Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.” Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa, eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la, ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ. “Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko. Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.” Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu. Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me. Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.” Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be, “Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo. Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.” Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.” Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã. Du siwo Gad ƒe viwo tso la woe nye: Dibon, Atarɔt kple Aroer, Atrɔt Sofan, Yazer kple Yogbeha, Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me. Du siwo Ruben ƒe viwo tso la woe nye: Hesbon, Eleale kple Kiriataim, Nebo, Baal Meon kple Sibma. Emegbe la, Israelviwo trɔ ŋkɔ na du siawo dometɔ siwo woxɔ hegbugbɔ tu la. Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe. Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma. Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo. Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/33-0ecd4842640201edacc86b94bd05561b.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi. Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu, le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi. Israelviwo dzo le Rameses, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Sukɔt. Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to. Esi wodzo le Etam la, wogbugbɔ yi Pi Hahirɔt, le Baal Zefon ƒe ɣedzeƒe, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol gbɔ. Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara. Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie. Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to, eye woho yi Sin gbedzi. Emegbe la, woyi Dofka. Esi wodzo le Dofka la, woyi Alus, hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o. Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi, eye tso afi ma la, woyi Kibrot Hatava. Tso Kibrot Hatava la, woyi Hazerot. Tso Hazerot la, woyi Ritmax. Tso Ritmax la, woyi Rimonparez. Tso Rimonparez la, woyi Libna. Tso Libna la, woyi Risa. Tso Risa la, woyi Kehelata. Tso Kehelata la, woyi Sefer to la gbɔ. Tso Sefer to la gbɔ la, woyi Harada. Tso Harada la, woyi Makhelot. Tso Makhelot la, woyi Tahat. Tso Tahat la, woyi Tera. Tso Tera la, woyi Mitka. Tso Mitka la, woyi Hasmona. Tso Hasmona la, woyi Moserɔt. Tso Moserɔt la, woyi Bene Yakan. Tso Bene Yakan la, woyi Hor Hagidgad. Tso Hor Hagidgad la, woyi Yotbata. Tso Yotbata la, woyi Abrona. Tso Abrona la, woyi Ezion Geber. Tso Ezion Geber la, woyi Kades le Zin gbedzi. Tso Kades la, woyi Hor to la gbɔ le Edomnyigba la to. Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me. Aron xɔ ƒe alafa ɖeka, blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòku ɖe Hor to la dzi. Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi. Wowɔ aʋa kplii, eye wotso Hor to la gbɔ heƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona. Tso Zalmona la, woyi Punon. Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot, eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iye Abarim le Moabtɔwo ƒe liƒo dzi. Tso afi sia la, woƒo asaɖa ɖe Dibon Gad woyi Dibon Gad heyi Almɔn Diblataim, Abarim towo gbɔ le Nebo to la gbɔ. Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba. Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la, ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le. Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi. Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo. “ ‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame. Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/34-ce945ae2354ff4547bcf6819dbc0c35c.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale: “ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la, ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon. Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la. Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta. Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ. Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la. Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu. Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “ ‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’ ” Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome, elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo. To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu, eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me. “Ame siawoe nye: “Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me, Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me, Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me, Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me, Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me, Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me, Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me, Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me, Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me, Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.” Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/35-e3f3321af1c0183789ed2cb8c5f36e36.mp3?version_id=1613,"Esi Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la to, le Moab gbedzi, le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo natsɔ du tɔxɛ aɖewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene. Woƒe aƒewo anɔ du siawo me, eye anyigba siwo ƒo xlã wo la azu lãnyiƒewo na woƒe nyiwo, alẽwo kple lã bubuawo. “Mina woƒe lãnyiƒewo nakeke mita alafa ene blaatɔ̃ tso duawo ƒe gliwo gbɔ do ɖe afi sia afi. Ale miadzidze du la ƒe ɣedzeƒe gome wòakeke mita alafa asiekɛ, dziehe gome mita alafa asiekɛ, ɣetoɖoƒe gome mita alafa asiekɛ kple anyiehe gome mita alafa asiekɛ, eye du la nanɔ titina. Esia anye lãnyiƒe na wo anɔ duawo ŋu. “Mitsɔ Sitsoƒedu adeawo na Levi ƒe viwo. Ne ame aɖe wu ame le nu maɖowɔ me, eye wòƒu du ge ɖe Sitsoƒedu ade siawo kple du blaene-vɔ-eve bubu me la, anɔ dedie. Woatsɔ du blaene-vɔ-enyi siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo. Du siawo anɔ anyigba la ƒe akpa vovovowo. To siwo lolo, eye du geɖewo le wo si la, woana duawo Levi ƒe viwo wòasɔ gbɔ, ke to suewo ana du ʋɛ aɖewo Levi ƒe viwo.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye mieɖo Kanaanyigba dzi la, mitia Sitsoƒeduwo da ɖi, ale be ne ame aɖe do hlɔ̃ le nu maɖowɔ me la, wòasi ayi wo dometɔ ɖeka me. Du siawo anye xɔnameteƒewo tso ame kuku la ƒe ƒometɔ siwo adi be yewoabia hlɔ̃ la ƒe asi me. Womawu hlɔ̃dola la o va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔe be eɖi fɔ. Du ade siawo si miena la anye miaƒe Sitsoƒeduwo. Mina du etɔ̃ nanɔ Yɔdan ƒe akpa sia, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan abe Sitsoƒeduwo ene. Du siawo manye sitsoƒewo na Israelviwo ɖeɖe ko o, ke boŋ na amedzrowo kple mɔzɔlawo hã. “ ‘Ke ne ame aɖe axlã gakpo aɖe ɖe nɔvia wòaku la, woatsɔe abe hlɔ̃dodo ene, eye woawu hlɔ̃dola la. Ne woƒu kpe gã aɖe ame aɖe wòku la, hlɔ̃dodoe; woawu hlɔ̃dola la hã. Nenema kee woawɔ ame si atsɔ nu si wowɔ kple ati la aƒo nɔvia wòaku. Hlɔ̃biala la nawu hlɔ̃dola la ne edo goe. Ale ne ame aɖe le fuléle ta, wòtsɔ nane ƒu nɔvia alo tso mɔ nɛ, alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la. “ ‘Gake ne fuléle mele amea me o, ko kasia wòlɔ ame aɖe ƒu anyi alo da nane tamemaɖomaɖotɔe wòdze ame aɖe, alo ne mekpɔe o, eye wòƒu kpe si ate ŋu awui, eye wòku la, ekema zi ale si menye futɔ na amea o, eye meɖo be yeawɔ nuvevie o hafi ta la, woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔ be nyadzɔɖeamedzi koe loo alo ɖe yewoaɖe asi le hlɔ̃dola la ŋu na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala mahã. Ne wotso nya me be nyadzɔɖeamedzi koe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo axɔ na hlɔ̃dola la tso hlɔ̃biala la ƒe asi me. Woaɖe mɔ na hlɔ̃dola la wòanɔ Sitsoƒedu la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la naku. “ ‘Ne hlɔ̃dola la do go le sitsoƒedu la me, eye hlɔ̃biala la kpɔe le du la godo hewui la, ekema hlɔ̃biala la medo hlɔ̃ o, elabena ɖe wòle be hlɔ̃dola la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime nunɔlagã la naku hafi. Ke le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, hlɔ̃dola la ate ŋu atrɔ ayi wo de. “ ‘Esiawoe nye se siwo dzi Israelviwo katã nawɔ tso dzidzime yi dzidzime. “ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o. “ ‘Ne wodrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe, tso nya me be ewu ame la, ekema ele be woawui kokoko. Womaxe alo axɔ naneke ɖe eƒe agbe ta o. “ ‘Nenema ke womaxɔ naneke le hlɔ̃dola si yi sitsoƒedu aɖe me la si, aɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de hafi nunɔlagã la naku o. “ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu. Migado ŋunyɔ anyigba si dzi nɔ ge miala la o, elabena nye, Yehowa, mele afi ma nɔ ge.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NUM/36-4b4e64f08166e6147be4537793a43e4f.mp3?version_id=1613,"Gilead, Makir ƒe viŋutsu, ame si nye Manase ƒe viŋutsu, tso Yosef ƒe ƒome la me ƒe amegãwo tso hlɔ̃ la me va ƒo nu le Mose kple kplɔlawo, Israelviwo ƒe ƒometatɔwo ŋkume. Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo. Ke ne woɖe srɔ̃ tso to bubu aɖe me la, woatsɔ woƒe anyigba la ayi wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe towo me. Le mɔ sia nu la, anyigba si woama na mí la dzi aɖe, eye womatrɔe na mí le Aseyetsoƒe la me o.” Tete Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ɖoɖo siawo le Israelviwo ƒe ŋkume be, “Yosef ƒe viwo ƒe nya la le eteƒe. Nu si Yehowa gagblɔ tso Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ŋue nye, ‘Mina woaɖe ŋutsu ɖe sia ɖe si dze wo ŋu, ne ŋutsu la nya tso woawo ŋutɔ ƒe to la me ko. Le mɔ sia nu la, to la ƒe Israelnyigba ƒe akpa aɖeke mage ɖe to bubu me tɔwo ƒe asi me o, elabena ele be to sia to ƒe domenyinu nanɔ anyi tegbetegbe, abe ale si wònɔ esi womae gbã na wo la ene. Israelviwo ƒe toawo ƒe nyɔnuwo naɖe srɔ̃ le woawo ŋutɔ ƒe towo me, ale be woƒe anyigba madzo le to la me o. Ale domenyinu aɖeke madzo le to aɖeke me ayi to bubu me o.’ ” Zelofehad ƒe vinyɔnuwo wɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi. Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo, Mahla, Tirza, Hogla, Milka kple Noa ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viŋutsuwo. Woɖe srɔ̃ le Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo dome, ale woƒe domenyinu la tsi wo fofo ƒe ƒome kple hlɔ̃ la me. Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Israelviwo to Mose dzi, le esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/1-e81be2bf9220d2da7148ba0250da791d.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi. Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta. Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me, eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me. Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la. Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye. Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me. Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele. Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.” Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o. (Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o. Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me; eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.” Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la. Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya, ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o, ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya. Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ. Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo. Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o. Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi. Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/2-be80c209c9d17a9e02533d48de1f6e6c.mp3?version_id=1613,"Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o, elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya. Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o. Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o. Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be, “Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame, aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,” eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la. Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme. Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o. “Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu? Ame kae afia nui?” Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/3-ed0cb1fe83c845a0ae3754cb3ef7e8ef.mp3?version_id=1613,"Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le Gbɔgbɔ me ene o, ke boŋ abe vidzĩwo, ame siwo mede ŋgɔ le kristotɔnyenye ƒe agbenɔnɔ me o eye wogale agbe le ŋutilã me abe ame siwo menye kristotɔwo o ene. Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi ko wòle be mianɔ nonom elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene. Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa? Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se. Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi, eye wotse ku le miaƒe dziwo me. Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o. Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu. Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o. Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti. Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖokpe bubu aɖeke anyi si to vovo tso esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la gbɔ o. Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpe la dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aƒla alo be gɔ̃ hã tua xɔe. Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã? Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la axɔ woƒe fetu. Ke ne ame aɖe ƒe xɔ fia le dzoa me la ekema ebu nu gã aɖe gake woaɖe eya ŋutɔ abe ame si woɖe le dzo bibi me ene. Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa? Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia. Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo. Elabena xexe sia me ƒe nunyawo katã nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume. Abe ale si woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽ me ene be, “Elé nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me.” Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nya be nunyalawo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.” Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ, eɖanye Paulo loo, alo Apolo o, Kefa, xexe sia me agbe, ku, egbeŋkeke alo etsɔ si gbɔna o, wo katã nye mia tɔ, eye mienye Kristo tɔ, ale Kristo hã nye Mawu tɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/4-d487c67fa541d01f71554cc9da59613b.mp3?version_id=1613,"Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go, eye to esia me la, míahe yayra geɖe vɛ na amewo. Nu si le vevie na dɔla lae nye be wòakpɔ egbɔ be yenye nuteƒewɔla. Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o. Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o. Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me. Nɔviwo, ɖeko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale be miase nya siwo woŋlɔ ɖi la gɔme; nya si woŋlɔ be, “Mègatsɔ naneke kpe nu si woŋlɔ da ɖi la o.” Ale miagade bubu ame aɖe ŋu wu ame bubu o. Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene? Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi. Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ. Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la, míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko! Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum, eye míekpɔ awu vuvu teti hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ. Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo. Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o, elabena va se ɖe fifia hã la, amewo mebua mí o. Míele ko abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene. Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene. Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi me he mi va Kristo Yesu gbɔe. Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi be miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la. Esia tututu ta mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi. Menya nyuie be dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me, eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o. Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm. Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nukpoloeƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me. Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/5-678e4777f2322a0306a4f2662010b037.mp3?version_id=1613,"Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o. Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake! Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mebua ta me vevie le nu sia ŋu eye le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me la, meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi abe ɖe mele mia dome ene. Miyɔ Hametakpekpe gã eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me. Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va. Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa? Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí. Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono. Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be migade ha kple ahasiwɔlawo o. Ke menye dzimaxɔsetɔ siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexea me ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o. Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o. Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo na wo, eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm. Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/6-824a0a95093db501657caa58dc0d231f.mp3?version_id=1613,"Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be ame siwo mevɔa Mawu o la nadrɔ̃ na mi, esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ? Ɖe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexea me blibo dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexea me tɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya suewo ɖo le mia nɔewo dome o? Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye ge oa? Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na dzimaxɔsetɔwo be woadrɔ̃ na mi? Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa? Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ? Ale si mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dzaa fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o? Ewɔ nublanui ŋutɔ be miawo boŋue le nu vlowo wɔm. Miele amebaba dzi ɣe sia ɣi, eye esi gavlo wue nye be miewɔa nu siawo ɖe mia nɔvi kristotɔwo kekeake hã ŋu. Ɖe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo, trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo, fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo. Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa” ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o. Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me. Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene. Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o! Ɖe mienya be ame si de ha kple ahasitɔ aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.” Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me. Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu. Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o, elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu dɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/7-706fc9c77a93eea1805fa4b3ffa4f0f7.mp3?version_id=1613,"Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o, gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o. Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o. Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o. Mele esia gblɔm abe mɔnana ene, ke menye abe sedede ene o. Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene, gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ; ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemɛ. Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu. Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o. Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o. Nenema ke ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ si menye kristotɔ o, gake srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ be nyɔnu la nanɔ ye gbɔ la, nyɔnu la hã megagbee o. Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ. Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me. Nyɔnu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Alo wò ŋutsu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o. Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi. Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ. Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o. Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ. Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume. Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi. Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene. Ne èɖe srɔ̃ la, mègagbee o. Ne mèɖe srɔ̃ haɖe o la, mègaɖee o. Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe. Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene. Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene. Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie. Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu. Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi. Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi. Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o. Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie, eye le esia ta wòɖoe le eƒe dzi me be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie. Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu. Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu. Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/8-10aa3d293ce7f769894fec6cc6fd5eb2.mp3?version_id=1613,"Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe be nunyalawoe mí katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo ɖo. Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o. Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu hã nyana. Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.” Ke ne Mawu bubuwo hã li, le dziƒo alo anyigba (abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene la), ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe. Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo. Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa mí ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o. Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o. Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me. Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me. Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu. Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/9-9b04fd6efa8331c0f8ce37fc0785d427.mp3?version_id=1613,"Ɖe nyemevo oa? Menye apostoloe menye oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la oa? Ɖe menye miawoe nye nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe metsonu oa? Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo dome o hã la, miawo ya mienya be apostolo menye elabena dzinyee mieto le Aƒetɔ la me hafi zu kristotɔwo fifia. Esia koe nye nya si le asinye na ame siwo nɔa ɖi kem kplim la. Aleke bum miele le ŋutinye? Ɖe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa? Ɖe mɔɖeɖe meli be makplɔ srɔ̃nyɔnu si nye xɔsetɔ ɖe asi ava dze mia gbɔ abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviwo kple Kefa hã wɔna ene oa? Alo miesusu be nye kple Barnabas koe anɔ fu kpem, anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuwo dzi kpɔm nyuie ɣe sia ɣia? Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔ oa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano notsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o? Menye amegbetɔwo ƒe susu ko gblɔm mele o; Mawu ƒe se gɔ̃ hã ɖo kpe nu siawo dzi pɛpɛpɛ elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽ la me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa? Ɖe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ɛ̃, míawo tae, elabena Mawu di be yeaɖee afia be ame si ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me, eye ame si tugua mɔlu la natugui le mɔkpɔkpɔ me, be wòakpɔ gome le eme. Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o. Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti. Nɔviwo, ɖe mienya be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋu dɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa. Nenema ke Aƒetɔ ɖe gbe be ame siwo gblɔa nyanyui la fiana la, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyui la me. Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔm na mi ne miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la, enyo wu be maxɔ ga le mia si, eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa. Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam! Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam eya ta nyemate ŋu agbe o. Le esia ta la, nye fetu koe nye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ nyanyui na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe, zi ale si wòle ɖoɖo nu be maxɔ fetu ɖe nye dɔwɔna ta hafi. Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me, eye eyae nye be ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mawɔ ɖokuinye kluvi na ame sia ame ƒomevi, ale be to esia me la, mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ. Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene, ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ke mezu abe ame si le sea te ene hena ame siwo le sea te (evɔ la, nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o), be asinye nasu ame siwo le sea te la dzi. Mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo (gake nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ), be asinye nasu semanɔsitɔwo dzi. Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ɛ̃, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu be wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ. Mewɔ esia be makaka nyanyui la na amewo katã eye to esia me la, nye hã maxɔ yayra tɔxɛ. Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua. Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ. Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o, ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/10-9e7df12f1b791cc36c5e0ad3860ac64f.mp3?version_id=1613,"Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie. Nuwɔna sia zu mawutsideta na wo kple Mose ɖe Ƒu la me. Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke, eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke, elabena wonoe tso gbɔgbɔmekpe gbadza si zɔ kpli wo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo. Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi. Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o. Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.” Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000) sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi. Nɔviwo, miawo hã migaɖia Kristo nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o. Le esi wolĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã. Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí, ale be míawo hã míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ, ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexea me ƒe nuwuwu tu aƒe. Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o. Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ. Menya be nunyalawo mienye eya ta mibu nya si gblɔ ge mala na mi ŋuti kpɔ. Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa? Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe. Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka. Ame aɖe abia be, ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo, eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasiwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o. Nu si gblɔm mele boŋ lae nye be ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm, menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o. Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ aɖanoe le gbɔgbɔ vɔ̃ hã ƒe kplɔ̃ ŋu o; nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o. Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia? Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la, ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o, gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o. Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me. Azɔ ne mieyi asi me la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole, eye migabia be afi ka lãa tso hã o. Ne menye nenema o la, ɖewohĩ ŋuɖoɖo la aɖe fu na miaƒe dzitsinya. Minyae be xexea me katã kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋu dɔ le dzidzɔ me. Ne dzimaxɔsetɔ kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wòdzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be, nu ka woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o. Gake ne miebe yewoaɖu nua ko, ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖu la sa vɔ na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖu la ŋuti ta. Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu la ŋuti ŋu vevie. Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe dzitsinya nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti? Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be mana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me, elabena eya bu be meda vo? Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me. Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖanye Yudatɔwo, Grikitɔwo alo Mawu ƒe hame la o. Nu si nye ya mewɔna lae nye be medzea agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be malé nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/11-12524e8a0264178e293a2642625cecda.mp3?version_id=1613,"Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene. Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu! Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi. Eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔe nye srɔ̃ŋutsu, eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔe nye Kristo, eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo. Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o. Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o. Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ nu ta o la, ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ nu eƒe ta boŋ. Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexea me la medo go tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me. Hekpe ɖe esia ŋuti la, Mawu mewɔ Adam na Eva o, ke boŋ Evae Mawu wɔ na Adam, eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene. Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ. Midrɔ̃e le miawo ŋutɔ mia ɖokui me kpɔ be enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa na Mawua? Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa? Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Le ɖoɖo siwo mede asi na mi ta la, nyemate ŋu akafu mi o, elabena miaƒe takpekpewo nana miegblẽna ɖe edzi wu be mianyo. Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna le hame la me. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã. Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ƒãa le mia dome. Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o. Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi. Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano nu le aƒe me oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe Mawu ƒe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o. Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.” Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava. Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu. Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o. Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã. Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o. Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme. Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/12-83360c75ad8e73c645fc5d7c284e75b5.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o. Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mienye trɔ̃subɔlawo. Mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, eye wolé míaƒe susu hekplɔ mi trae le legba maƒonu siawo gbɔe. Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko. Azɔ la, nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo li gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe. Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele. Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu. Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie. Ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me, eye esiae nye eya hã ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ. Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu. Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la na mí. Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe “ŋutilã” gome hã, elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o. Ɛ̃, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o. Ne afɔ agblɔ be, “Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o” la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o. Nu ka nàbu ne èse to wògblɔ be, “Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o elabena to ko menye, nyemenye ŋku o”? Ɖe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa? Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema aleke wòawɔ hafi ase nu? Alo ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, aleke nàwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ? Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ. Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe! Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo, ke ŋutilã ɖeka koe li. Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, “Nyemehiã wò o.” Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, “Nyemehiã wò o.” Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo, eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu. Ɛ̃, dzi dzɔa mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu, eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o, ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle na ŋutinu tɔxɛ aɖewo, ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tututu o ene. Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome, ale ŋutinuawo tsɔa beléle na wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene. Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye. Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. Mí katã míeƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie. Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. Ame sia amee nye apostoloa? Ao! Ame sia amee nye nyagblɔɖilaa? Ao! Ame sia amee nye nufialaa? Ɖe ŋusẽ le ame sia ame si be wòawɔ nukunuwoa? Ɖe ame sia ame si xɔ amenuveve ƒe nunana ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Ɖe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Ɖe ame sia ame ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm, eye wòaɖe egɔmea? Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la dzi. Azɔ la, mina maƒo nu na mi tso mɔ bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/13-df9efeeffa63e1e84e6e47e9eefc5764.mp3?version_id=1613,"Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo nui, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene. Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o. Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo, eye matsɔ nye ŋutilã ana be woatɔ dzoe, gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o. Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o. Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖe yeye gbɔgblɔ le la atɔ eye afi si sidzedze le la, enu ava yi, elabena míenya nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã, gake ne blibodede va la, ekema nu si mede blibo o la abu ɖa. Esi menye ɖevi la, meƒo nu, eye mebu ta me abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo, eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu. Ke azɔ la, nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele le ahuhɔ̃e me, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la, menya nu afã kple afã; emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene. Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã ta lae nye lɔlɔ̃." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/14-65f96f509755a7d91feb194de9996793.mp3?version_id=1613,"Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ. Ke ne wò nunanae nye be nàte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nàƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ànɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ, ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla. Ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa Mawu ƒe nya la le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me, eye wòle ŋusẽ dom wo, hele akɔ fam na wo. Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi, eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me. Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya, elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu be woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe, ale be hame la nakpɔ ŋgɔdede. Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu. Mate ŋu atsɔ dzewo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu, afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖeko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ. Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, aleke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe? Nenema ke, ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, aleke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me. Mebu be gbe vovovo geɖewo le xexea me, eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo, ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la anye amedzro nam, eye nye hã manye amedzro nɛ. Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye tutuɖedzi na hame blibo la. Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ, ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe. Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o. Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme, elabena ne èkafu Mawu, eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la ate ŋu agblɔ “Amen” kpli wòa? Aleke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o? Àte ŋu anɔ akpe dam vevie, gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o. Meda akpe na Mawu be, “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase, eye wòanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ɖe gbe manyamanyawo me.” Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me. Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, “Matsɔ ame bubuwo ƒe aɖewo kple ame bubuwo ƒe nuyiwo aƒo nu kple dukɔ sia, ke le ɣe ma ɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo tom o, Aƒetɔ la gblɔe.” Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme, eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe. Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi. Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma. Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me. Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme. Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu le ha la me o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me, ke menye woaƒo nu sesĩe na ameha la o. Ale Nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ naƒo nu eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie. Ke nenye be ɖeɖefia aɖe va na ame siwo nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe, ana mɔ nɔvia. Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka, eye ame sia ame nasrɔ̃ nu, eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu. Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu. Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene. Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene. Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me, elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o. Mia gbɔe Mawu ƒe nya dze egɔme tsoa? Alo miawo gbɔ koe wòɖoa? Ne ame aɖe susu be yenye nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmenunana le ye si la, nexɔe se be nu siwo meŋlɔ na mi la nye sedede tso Aƒetɔ la gbɔ. Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me. Eya ta nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miagblɔ nya ɖi, eye migaxe mɔ na aɖe bubuwo gbɔgblɔ o. Ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/15-56f3c8ae01ffe0c6fa075e0e54842454.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔse la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi. Nyanyui sia ke dzie mieto kpɔ ɖeɖe, ne mielé nya si megblɔ na mi la me ɖe asi sesĩe ko. Ne menye nenema o la, ekema miaƒe xɔse la nye dzodzro. Elabena metsɔ nu si mexɔ la de asi na mi, abe nu gbãtɔ si le vevie ene be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene. Woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔe ene. Eɖe eɖokui fia Kefa gbã, eye emegbe ame wuieveawo dometɔ bubuawo hã kpɔe. Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe, ke ɖewo hã ku. Yakobo kpɔe, eye emegbe la, apostoloawo katã kpɔe. Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene. Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o. Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram. Nenye nyee alo woawoe wɔ dɔ sesĩe wu hã la, vovototo aɖeke mele eme o. Nu vevitɔe nye be míegblɔ nyanyui la na mi eye miexɔe se. Ke ne woɖe gbeƒã be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome la, aleke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã? Elabena ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi meli o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o. Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawudzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o, eye wogakpɔa mí hã abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo ene, elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me. Nenye be ame kukuwo metsia tsitre o la, ekema Kristo ganye ame kuku kokoko. Ke ne Kristo metsi tsitre o la, míaƒe xɔse nye dzodzro, eye míegale míaƒe nu vɔ̃wo me. Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu, eye ne míekpɔ mɔ na Kristo le agbe sia me ɖeɖe ko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã. Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpeakpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka. Ku va xexea me le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ. Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã hã le Kristo me. Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe. Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe kpakple ŋusẽ ƒomevi ɖe sia ɖe dzi. Nuwuwu la ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la. Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi, eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ si nye ku gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi, eye woaɖee ɖa, elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la ya dzi o. Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu ƒe Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la azu tatɔ alo dziɖula gãtɔ. Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidede ta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka ta wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o? Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asi me ɣe sia ɣi? Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asi me gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la me la ta ene. Nenye ame ƒe susu nue mewɔ avu kple lã wɔadã mawo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, “Ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.” Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔwɔ nyuiwo. Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi. Ke ame aɖe abia be, “Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?” Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Ne mietsɔ nuku aɖe de to me la, metsina zua ati o negbe ɖeko “wòaku” gbã hafi. Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tso nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede to me la nye bliku sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã. Emegbe la, Mawu naa dzedzeme nyui yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tso nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me. Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo. Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigbadzitɔ gbɔ. Nenema ke woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe. Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si, eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me. Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna, eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o. Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ, eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ɛ̃, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna, eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũu. Wonye dzɔdzɔmeŋutilãwo ko le ku me, ke ne míeva tsi tsitre la, woanye gbɔgbɔmeŋutilãwo elabena abe ale si amegbetɔwo ƒe ŋutilã dzɔdzɔmetɔwo li ene la, nenema ke ŋutilã siwo nye gbɔgbɔmetɔwo hã li. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe. Ale menye gbɔgbɔmetɔe nye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae. Eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va. Ame gbãtɔ si tso anyigba me la nye anyi, ame evelia nye Aƒetɔ si tso dziƒo. Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si. Abe ale si anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mía ŋu la, nenema kee dziƒotɔa ƒe nɔnɔme anɔ mía si gbe ɖeka. Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o. Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã. Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake. Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee. Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.” O, ku, afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le? Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la. Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi! Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1CO/16-e189a967e935a036e94659aa9436af86.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖe kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo ke mede na hame siwo le Galatia. Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o. Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi. Eye ne anyo be nye hã mayi kplii la, ekema míate ŋu azɔ afɔ ɖekae. Mayi Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu. Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam. Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi, elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li, ke futɔwo hã sɔ gbɔ. Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene. Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem le ŋutifafa me. Mele mɔ kpɔm be makpɔ eya kple nɔvi bubu siwo trɔ gbɔna la kaba. Meɖe kuku na mía nɔvi Apolo be eya kple nɔvia bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ. Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu. Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃. Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo. Mieɖoa ŋku Stefano kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi. Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefano, Fortunatus kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖeŋudɔ siwo miele afi sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe. Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Hame siwo le Asia afi sia la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi le Aƒetɔ la me. Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo. Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go. Nye Paulo, meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi. Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va! Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã. Metsɔ nye lɔlɔ̃ na mi katã le Kristo Yesu me. Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/1-97be8395bb5c1dc25212221640ec557a.mp3?version_id=1613,"Le Saul ƒe ku megbe la. David trɔ va Ziklag le esime wòɖu Amalekitɔwo dzi vɔ megbe eye wònɔ afi ma ŋkeke eve. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu. David biae be, “Afi ka nètso?” Eɖo eŋu be, “Mesi tso Israel ƒe asaɖa me.” David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aʋa si ameawo eye wo dometɔ geɖewo ku. Saul kple via Yonatan hã ku.” Tete David bia ɖekakpui si tsɔ du la vɛ nɛ la be: “Aleke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee. Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’ “Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’ “Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’ “Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.” David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia. Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu. David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.” David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?” Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku. Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’ ” David kpa konyifaha sia tso Saul kple via Yonatan ŋu eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene. “Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi. Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! “Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye. “Oo, mi Gilboa towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o. Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le, Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene. “Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ tso aʋatsilawo ƒe ʋu me kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o, Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo. “O Israel vinyɔnuwo, mifa avi na Saul ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo. “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi. Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem elabena èxɔ asi nam vevie ŋutɔ. Wò lɔlɔ̃ nam de to ŋutɔ ede to wu nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã. “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/2-9f80b6ad44b90f375999c01dd089e5dc.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.” Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel, eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron. Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la, eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta. Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta. Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.” Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae, be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi. Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã. Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon, eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo. Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!” Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.” Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David. Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.” Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi. Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o. Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?” Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!” Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi. Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.” Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma. Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi. Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame. Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?” Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.” Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti. Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim. Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu. Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade (360), ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku. Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/3-7e4bc13f83829e8dcc11691097fb0d36.mp3?version_id=1613,"Aʋawɔwɔ didi aɖe nɔ edzi yim le Saul ƒe aƒe kple David aƒe dome. David ƒe aƒe la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le esime Saul ƒe aƒe ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi. Wodzi ŋutsuviwo na David esi wònɔ Hebron. Via ŋutsu tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. Via ŋutsu eveliae nye Kileab, ame si Abigail, Nabal, Karmeltɔ la ƒe ahosi dzi nɛ. Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si Hagit dzi nɛ. Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla. Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron. Esi aʋa la nɔ edzi yim la, Abner va kpɔ ŋusẽ gã aɖe le Saul yomedzelawo dome. Ewɔ nɔƒe si wòkpɔ la ŋu dɔ eye wòdɔ Saul ƒe ahiãvi aɖe si woyɔna be Rizpa, si dadaa nye Aya gbɔ. Ke esi Is Boset bia gbe Abner le nuwɔna sia ŋu la, Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua? Mawu nafia fu Abner vevie ne nyemewɔ nu si Yehowa do ŋugbe, eye wòka atam ɖe edzi be mawɔ na David o, ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.” Is Boset meɖo eŋu o elabena enɔ vɔvɔ̃m na Abner. Abner dɔ amewo ɖe David gbɔ be woagblɔ nɛ be yeaɖe asi le Israel ƒe fiaɖuƒe ŋu nɛ ale be wòawɔ ye yeazu aʋafia gã anɔ Israelʋakɔ la kple Yudaʋakɔ la ƒe ƒuƒoƒo nu. David ɖo eŋu be, “Enyo, melɔ̃ gake nyemawɔ nubabla aɖeke kpli wò o va se ɖe esime nàkplɔ srɔ̃nye Mixal, ame si nye Saul vinyɔnu la vɛ nam.” Ale David ɖo du ɖe Is Boset be, “Gbugbɔ srɔ̃nye Mixal nam elabena Filistitɔ alafa ɖeka ƒe agbe metsɔ na ɖe eta.” Ale Is Boset xɔ Mikal le srɔ̃a Paltiel si nye Lais vi la si. Paltiel dze srɔ̃a yome nɔ avi fam va se ɖe keke Bahurim, hafi Abner na wòtrɔ yi aƒe. Abner wɔ takpekpe kple Israel ƒe kplɔlawo eye wòɖo ŋku edzi na wo be, “Miedi be David nanye miaƒe fia ɣeyiɣi didi aɖee nye esi.” Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ” Abner ƒo nu kple Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlawo hã. Emegbe la, eyi Hebron eye wògblɔ ale si wòwɔ nya la ŋu dɔ kple Israelviwo kple Benyamin ƒe viwo la na David. Esi Abner kplɔ ame blaeve ɖe asi va David gbɔ le Hebron la, David xɔ wo nyuie eye wòɖo kplɔ̃ na wo. Esi Abner nɔ dzodzom la, edo ŋugbe na David be, “Ne meɖo aƒe la, mayɔ Israelviwo katã aƒo ƒu na nye aƒetɔ fia la, eye mana woatia wò woƒe fiae abe ale si nèdi xoxoxo ene.” Ale David na Abner trɔ dzo dedie. Esi Abner trɔ dzo teti ko la, Yoab kple David ƒe aʋawɔla aɖewo gbɔ tso nuwo haƒe eye wotsɔ afunyinuwo gbɔe. Esi wògblɔ na Yoab be Abner, Ner vi, va kpɔ Fia la ɖa eye wòtrɔ dzo dedie le ŋutifafa me eteƒe medidi o la, Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo! Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.” Yoab dɔ amewo ɖa be woana Abner natrɔ agbɔ. Ame dɔdɔawo tu Abner le Sira ƒe vudo la gbɔ eye wòtrɔ gbɔ kpli wo. Ke David menya naneke tso nu sia ŋu o. Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene. Emegbe, esi David se nu tso nu sia ŋu la, egblɔ be “Nye kple nye fiaɖuƒe la, míeɖi fɔ le Ner ƒe vi, Abner ƒe ʋu ŋuti le Yehowa ŋkume o yi ɖe mavɔ me. Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.” Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner elabena ewu wo nɔviŋutsu Asahel le aʋa le Gibeon. David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe. Woɖi Abner ɖe Hebron eye fia la fa avi hehehe le Abner ƒe yɔdo to, nenema kee nye ameawo katã hã. Fia David dzi konyifaha sia na Abner be, “Ɖe Abner aku abe yakame enea? Womebla wò asiwo hafi o. Womede ga wò afɔwo hafi o. Èku abe ale si wokuna le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.” Eye ameawo katã gafa avi nɛ. Ale wo katã wova eye woƒoe ɖe David nu be wòaɖu nane esi zã medo haɖe o. Ke David ka atam be, “Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to!” Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu. Ale dukɔ blibo la, Yuda kple Israel siaa nya to David ƒe nuwɔnawo me be eƒe asi menɔ Abner ƒe ku la me o. David gblɔ na eƒe amewo be, “Kplɔla gã aɖe kple amegã aɖe ku egbe le Israel eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/4-7cd4121c4f2dbfa004fd133d60a68ce1.mp3?version_id=1613,"Esi Saul ƒe viŋutsu, Is Boset, se be Abner ku le Hebron la, dzi ɖe le eƒo eye dzidzi ƒo Israel blibo la. Azɔ la, ŋutsu eve nɔ Saul ƒe viŋutsu si eye wonye adzohawo nunɔlawo. Ɖeka ŋkɔe nye Baana eye evelia ŋkɔe nye Rekab. Wonye Rimon, Beerot tɔ, ame si tso Banyamin to la me la ƒe viwo. Wobua Beerot abe Benyamin ƒe akpa aɖe ene elabena ame siwo tso Beerot la si yi Gitaim eye wonɔ afi ma abe amedzrowo ene va se ɖe egbe. Fia Saul ƒe tɔgbuiyɔvi aɖe si nye ŋutsuvi tekunɔ aɖe la li; fofoae nye Yonatan eye eŋkɔe nye Mefiboset. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan le aʋa me le Yezreel. Esi wose aʋa la me nyawo la, nyɔnu si nɔ ɖevi la dzi kpɔm la si kple ɖevi la yina. Ke ɖevi la ge dze anyi eye to esia me la ɖevia zu tekunɔ. Rekab kple Baana, Rimon kple Beerot ƒe viwo yi Fia Is Boset ƒe aƒe me gbe ɖeka ŋdɔ esi Is Boset nɔ ŋdɔlɔ̃ dɔm. Woge ɖe aƒea me abe lu tsɔ ge woyi le titinaxɔ me ene; wotɔ hɛ dɔme nɛ eye wosi dzo. Woyi aƒea me esime wòmlɔ anyi ɖe eƒe xɔ gã me. Esime wowui la, wotso ta le enu. Wokɔ eƒe ta ɖe asi eye wozɔ mɔ zã blibo la heto tagbamɔ. Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!” Ke David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa, ame si ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me la ka atam be esi ame aɖe gblɔ nam be Saul ku eye yee wui kple susu be dzidzɔnya aɖe gblɔm yele nam la, mewui le Ziklag. Nenemae mexe fe nɛ ɖe eƒe dzidzɔnya la tae nye esi! Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.” Ale David ɖe gbe na eƒe ɖekakpuiwo eye wowu wo, wolã woƒe asiwo kple afɔwo eye wotsi woƒe kukuawo ɖe Hebron ta la to. Woɖi Is Boset ƒe ta ɖe Abner ƒe yɔdo me le Hebron." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/5-016f646a276f5c7280fc8688848547fb.mp3?version_id=1613,"Emegbe la, amewo tso Israel ƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me va David gbɔ le Hebron hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, míenye wò ŋutilã kple ʋu. Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.” Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi. David xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe blaene. Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃. Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie. Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.” David gblɔ gbe ma gbe be, “Ele be ame sia ame si aɖu Yebusitɔwo dzi la, nato tɔtsoƒe aɖo ‘xɔdrɔ̃ kple ŋkugbãtɔ mawo’ ame siwo nye David ƒe futɔwo la gbɔ.” Eya ta wogblɔna be, “ ‘Ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo’ mage ɖe fiasã la me o.” Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina. Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii. Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti eye wotu fiasã na David. Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi. Esi David ʋu yi Hebron la, egaɖe srɔ̃ bubuwo, egaɖo ahiãvi yeyewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo. Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo Ibhar, Elisua, Nefeg, Yafia, Elisama, Eliada kple Elifelet. Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be Filistitɔwo gbɔna eya ta wòsi yi mɔ sesẽ la me. Filistitɔwo va do eye wokaka ɖe Refaim balime. David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.” Ale David yi ɖawɔ aʋa kpli wo le Baal Perazim eye wòɖu wo dzi. Egblɔ be, “Yehowae ɖu wo dzi; eƒu du to nye futɔwo dome abe ale si tɔsisi gba goe ene.” Ale wona ŋkɔ teƒe la be Baal Perazim si gɔmee nye “Aƒetɔ si gba go.” Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi eye David kple eƒe amewo fɔ wo. Ke Filistitɔwo trɔ va eye wogakaka ɖe Refaim balime. Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ. Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi. Esiae anye dzesi na wò be Yehowa dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.” Ale David wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo tso keke Gibeon va se ɖe Gezer." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/6-b37f3ea84d94a11ff44154c07a214baa.mp3?version_id=1613,"David gaƒo ƒu ame tiatia akpe blaetɔ̃ tso Israel dukɔ blibo la me. David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu. Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio. Ahio nɔ zɔzɔm le ŋgɔ, David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu. Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa. David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be “Perez Uza” si gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe. David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me. Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom kple eƒe aƒemetɔwo katã. Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso. Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe. David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe. Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime. Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me. David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!” David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia. Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛtɔ gã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.” Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/7-55d36c29bed4447e4b1e8c1c4c694bcc.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la, David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.” Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.” Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be, “Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea? Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe. Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’ “Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi. Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me! Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ. “ ‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò. Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa. Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ, ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o. Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ” Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David. Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa? “Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla. Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya. “Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene. Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu. “Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee. “Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò. Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena wò, Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye wò dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to wò yayra me tegbee.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/8-c3a99de386a8c366a3d5b1b319a90fbd.mp3?version_id=1613,"Le esia megbe la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe du Meteg Ama xɔxɔ me. Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to. David lé sɔdola akpe wuiadre (17,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko. Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000). David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi. David tsɔ sikakpoxɔnu siwo ŋu dɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo wɔ la va Yerusalem. Etsɔ akɔbli gbogbo aɖe hã tso Teba kple Berotai siwo nye Fia Hadadezer ƒe du gãwo la me yi Yerusalem. Esi Hamat fia, Tɔi, se ale si David si fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la, eɖo Via ŋutsu Yoram ɖe David gbɔ be wòado gbe nɛ, akafui le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer eye wòsii la ta, vevietɔ, esi Tɔi kple Hadadezer nye futɔwo ta. Tɔi ɖo nu siwo wowɔ kple klosalo, sika kple akɔbli la ɖe David. Fia David kɔ nunana siawo katã ŋu na Yehowa, abe ale si wòwɔ kple klosalo kple sika si wòxɔ tso dukɔ siwo katã dzi wòɖu gbɔ, tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo. Esi wòtrɔ gbɔ la, ewu Siriatɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime eye wòda asrafo aɖewo ɖe Edom ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Ale Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi. David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame. Yoab, Zeruya ƒe vi nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye fia ƒe tsiami. Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Seraya nye fia la ƒe nuŋlɔla. Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/9-7a53b943d6718f4cc1999f4acc3c1afa.mp3?version_id=1613,"David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?” Azɔ la, dɔla aɖe nɔ Saul ƒe aƒe me si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Ziba?” Eɖo eŋu be, “Wò dɔlae.” Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?” Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.” Fia la biae be, “Afi ka wòle?” Ziba ɖo eŋu be, “Ele Amiel ƒe vi Makir ƒe aƒe me le Lo Debar.” Ale Fia David na wokplɔe tso Lo Debar vɛ tso Makir, Amiel ƒe viŋutsu, Makar ƒe aƒe me. Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu. David yɔe be, “Mefiboset!” Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.” David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.” Mefiboset tsyɔ mo anyi gblɔ be, “Nu kae wò dɔla nye be nètsɔ ɖe le eme na nye, ame si le abe avu kuku ene?” David yɔ Saul ƒe subɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be, “Metsɔ nu sia nu si nye Saul kple eƒe ƒomea tɔ la na wò aƒetɔ Saul ƒe tɔgbuiyɔvi. Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si. Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene. Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo. Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/10-65ec02e9ad7750db0f71734b49d6766b.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo ƒe fia ku eye via Hanun ɖu fia ɖe eteƒe. David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la, Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?” Ale Hanun lé David ƒe amewo, ƒlɔ ge afãafã na wo eye wòlã woƒe awuwo ɖe woƒe gɔnu. Ale Hanun do mɔ ameawo. Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ. Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi. Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa. Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi. Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa, eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me, eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo. Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo. Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò. Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.” Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem. Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wogbugbɔ ƒo ƒu wo ɖokuiwo. Hadadezer na Aramtɔwo tso tɔsisi la godo yi Helam eye wonɔ Sobak, Hadadezer ƒe aʋafia ƒe kpɔkplɔ te. Esi wogblɔ nya sia na David la, eya ŋutɔ kplɔ Israel ƒe aʋakɔ la yi Helam. Aramtɔwo ho aʋa ɖe David ŋu eye wowɔ aʋa kplii. Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma. Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/11-42ee726f0460c872856f4a579b5e6358.mp3?version_id=1613,"Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, David ɖo Yoab kple Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woatsrɔ̃ Amonitɔwo eye woɖe to ɖe Raba. Ke David nɔ Yerusalem. Gbe ɖeka le ɣetrɔ me la, David fɔ eye wòɖi tsa le eƒe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si dze tugbe ŋutɔŋutɔ wònɔ tsi lem, ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃. Enumake David na woyɔe nɛ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Batseba wu ɖokuiŋukɔkɔ le gbɔtotsitsi megbe ƒe wɔnawo nu teti ko. Esi wòva la, David dɔ egbɔ eye wòtrɔ yi aƒe me. Emegbe esi Batseba kpɔ be yefɔ fu la eɖo ame ɖe David hegblɔe nɛ. Ale David dɔ ame ɖo ɖe Yoab be, “Ɖo Uria, Hititɔ la ɖem.” Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti. Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee. Ke Uria meyi aƒe me o; etsi fiasã la ƒe agbonu kple fia la ƒe subɔlawo. Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?” Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.” David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem. David kpee ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ ŋu eye wòna wòno aha mu gake egagbe aƒemeyiyi eye wògatsi fiasã la ƒe agbo nu dɔ. Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de asi na Uria be wòatsɔ ayi na Yoab. Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui! Ale Yoab ɖo Uria ɖe teƒe aɖe si te ɖe du si ŋu woɖe to ɖe afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo nɔ. Ale wowu Uria, Hititɔ la kple Israelvi geɖewo. Yoab ɖo du ɖe David tso aʋa la ƒe yiyime ŋuti. Egblɔ na ame si wòdɔ la be, “Ne ègblɔ nya sia nya tso aʋa la ŋu la, ɖewohĩ ado dɔmedzoe abia wò be, ‘Nu ka ta miegogo du la nenema le aʋa la wɔwɔ me? Ɖe mienya be woada aŋutrɔwo tso gli la dzi oa? Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ” Ale ame dɔdɔ la yi Yerusalem eye wògblɔ nya la na David. Egblɔ be, “Futɔwo lũ ɖe mía dzi; míenya wo wogbugbɔ yi dua ƒe agbowo nu. Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.” David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!” Esi Batseba se be ye srɔ̃ Uria ku la, efae vevie eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/12-9211c42ad0be0067fda4ca57510d7e88.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa ɖo Nyagblɔɖila Natan ɖa be wòagblɔ ŋutinya sia na David be, “Ŋutsu eve aɖewo le du aɖe me, ɖeka nye kesinɔtɔ gã aɖe eye evelia nye ame dahe. Alẽwo kple nyiwo nɔ kesinɔtɔ la si fũu, ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene. “Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.” David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku! Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.” Tete Natan gblɔ na David be, “Wò tututue nye kesinɔtɔ ma! Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi eye meɖe wò tso Saul ƒe asi me; metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o. Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a! Eya ta tso azɔ dzi la, yi madzo le aƒewò me o, elabena edo vlom eye nèxɔ Uria Hititɔ la srɔ̃ ɖe.’ “ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ. Èwɔe le bebeme ke nye ya mawɔ nu sia ɖe ŋuwò le gaglãgbe, le Israel blibo la ŋkume.’ ” David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.” Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe. David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me. Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o. Le ŋkeke adrea gbe la, ɖevi la ku. David ŋumewo vɔ̃ be yewoagblɔe nɛ. Wogblɔ be “Esi ɖevia nɔ agbe la, míeƒo nu nɛ, ke meɖo to mí o; azɔ la, aleke míawɔ agblɔ nɛ be ɖevia ku? Ate ŋu awɔ nuvevi eɖokui.” Ke esi David kpɔ wo wonɔ dalĩ dom na wo nɔewo la, enya nya si dzɔ. Ebia be, “Ɖevia kua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, eku.” David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie. Nu sia wɔ nuku na eŋumewo eye wogblɔ nɛ be, “Míese wò nuwɔna sia gɔme o. Esi ɖevia nɔ agbe la, èfa avi eye nègbe nuɖuɖu, ke azɔ esi ɖevia ku la, èdzudzɔ konyifafa eye nègade asi nuɖuɖu me.” David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’ Ke nu ka ta magatsi nu adɔ esi wòku? Ɖe mate ŋu ana wòagbɔ agbea? Egbɔe mayi, ke eya magate ŋu atrɔ va gbɔnye o.” David fa akɔ na Batseba eye esi wògadɔ egbɔ la, edzi ŋutsuvi eye wòna ŋkɔe be Solomo. Yehowa lɔ̃ ɖevia eye wòɖo du kple yayra ɖee to Nyagblɔɖila Natan dzi, be woana ŋkɔ ɖevia be “Yedidia” si gɔmee nye, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔ” le lɔlɔ̃ tɔxɛ si Yehowa tsɔ nɛ la ta. Azɔ la, Yoab wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe Raba eye wòxɔ fiadu la. Yoab ɖo amewo ɖa be woagblɔ na David be, “Mewɔ aʋa kple Raba eye mexɔ eƒe tsiduƒe la. Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.” Ale David kplɔ aʋakɔ blibo la yi Raba, wɔ aʋa eye wòxɔ du la. Eɖe fiakuku le ta na Fia la. Fiakuku la ƒe kpekpemee nye sika talento ɖeka eye wotɔ kpe xɔasiwo ɖe eŋu. Wotsɔe ɖɔ na David. Elɔ afunyinu geɖewo tso du la me. Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ kple laxalaxawo, fiwo kple fiawo. Ena wowɔ dɔ le kpemeƒe la hã. Ewɔ Amonitɔwo ƒe duwo katã me tɔwo alea. David kple aʋakɔ la gbugbɔ va Yerusalem." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/13-3445fa8d6b204ee64cb7b81f78e29504.mp3?version_id=1613,"Nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Absalom, David ƒe viŋutsu si. Eŋkɔe nye Tamar eye eƒe nu nyo David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋu, evɔ Amnon kple Tamar nye atsusiviwo. Amnon ƒe lɔlɔ̃ na Tamar va ɖe fu nɛ ale gbegbe be wòdze dɔ. Amnon mekpɔ mɔnu aɖeke awɔ naneke kplii o, elabena Tamar menya ŋutsu haɖe o. Xɔlɔ̃ dzeaye aɖe nɔ Amnon si; eŋkɔe nye Yonadab, ame si nye David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi. Gbe ɖeka la, Yonadab bia Amnon be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta wò, fiavi, nàlé blanui ale ŋdi sia ŋdi?” Amnon gblɔ nɛ be, “Tamar, nɔvinye nyɔnu, ame si dzɔ ɖe Absalom yome la ƒe vi la ƒe nu lé dzi nam.” Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.” Amnon wɔ alea. Esi David va kpɔe ɖa la, eɖe kuku nɛ be wòaɖe mɔ na ye nɔvinyɔnu, Tamar, wòava ɖa nu na ye yeaɖu. David lɔ̃ eye wòɖo du ɖe Tamar be wòayi Amnon ƒe xɔ me eye wòaɖa nane nɛ. Ale Tamar yi Amnon ƒe xɔ me ale be Amnon nakpɔ ale si wòablu amɔ lae. Etɔ tatalĩ tɔxɛ aɖe nɛ, ke esi wòɖo kplɔ̃ nɛ la, egbe nua ɖuɖu! Eɖe gbe na eƒe subɔlawo be woadzo le yewo gbɔ eye subɔlawo katã do go le xɔa me. Amnon gblɔ na Tamar be, “Tsɔ nuɖuɖu la va nye dɔƒe eye nàdoe nam.” Ale Tamar tsɔ nuɖuɖu la yii. Esi wòtsi tsitre ɖe eŋkume la, Amnon gblɔ nɛ be, “Lɔlɔ̃tɔ, va mlɔ gbɔnye.” Tamar do ɣli be, “Oo, Amnon, èdzɔ movi loo! Mègawɔ nu sia tɔgbi o. Wò ŋutɔ ènya be nu sia tɔgbi medzɔna le Israel o. Afi ka mayi kple ŋukpe gã sia? Woayɔ wò be abunɛtɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka le Israel! Meɖe kuku, ƒo nu kple fia la, ekema aɖe mɔ na wò nàɖem.” Amnon gbe meɖo toe o, ke boŋ esi wòsẽ wu Tamar ta la, elée sesẽtɔe hedɔ egbɔ. Enumake lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la trɔ zu fuléle. Amnon lé fu Tamar azɔ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eblu ɖe eta be, “Do go nàdzo le afi sia!” Tamar de asi avifafa me hegblɔ be, “Ne ègbem la, evɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ kplim gɔ̃ hã.” Ke Amnon meɖo to Tamar ƒe nya siawo o. Eyɔ eƒe subɔla eye wògblɔ nɛ be, “He nyɔnu sia do goe le afi sia eye nàtu ʋɔa ɖe eyome.” Ale subɔla la hee do goe eye wòtu ʋɔ la ɖe eyome. Edo awu ʋlaya nyui aɖe si fiavinyɔnu siwo menya ŋutsu haɖe o la dona. Tamar dze awu la le eɖokui ŋuti, lɔ dzowɔ kɔ ɖe tame, kpla asi ta, henɔ avi fam kple ɣli eye wòdzo. Nɔvia Absalom biae be, “Nyateƒee be Amnon gblẽ wòa? Mègana wòave wò nenema kura o, elabena ƒome ɖeka sia me ko nya la dzɔ le. Esia menye nya aɖeke si ŋu nàtsi dzi le alea o!” Ale Tamar nɔ nɔvia Absalom gbɔ abe nyɔnu si ɖi gbɔ̃ eɖokui ene. Esi Fia David se nya si dzɔ la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o. Le ƒe eve megbe la, wonɔ fu kom na Absalom ƒe alẽwo le Baal Hazor, le Efraim du la gbɔ. Absalom kpe fiaviŋutsuwo katã be woava afi ma. Eyi fofoa David gbɔ hekpe eya hã kple eŋumewo be woava kpɔ dzidzɔ kple ye. Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta. Absalom gblɔ be, “Enyo; ne wò ŋutɔ màte ŋu ava o hã la, màɖo nɔvinye, Amnon ɖa ɖe tewòƒe oa?” Fia la biae be, “Nu ka ta maɖo Amnon ɖa?” Absalom yi nya la ƒoƒo ɖe fia la nu dzi va se ɖe esime wòlɔ̃ eye wòna via ŋutsuwo katã, ame siwo dome Amnon hã nɔ la yi. Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!” Ale Absalom ƒe amewo wɔ Amnon abe ale si Absalom ɖo na wo ene. Tete fia la ƒe viwo katã lia woƒe tedzisɔwo dzi eye wosi dzo. Esi wonɔ mɔa dzi la, David se be, “Absalom wu fia la ƒe viwo katã eye wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o.” Fia la tsi tsitre, dze eƒe awuwo eye wòmlɔ anyigba, le konyifafa me, eŋumewo hã dze woƒe awuwo le ŋɔdzi kple konyifafa ta. Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar. Mele be nye aƒetɔ, fia la naƒo to nya sia bena fiaviŋutsuawo katã ku o. Amnon koe ku.” Ke Absalom si le teƒea. Azɔ, dzɔla si le Yerusalem ƒe gli la dzi la, kpɔ ameha gã aɖe le togbɛ la ŋu wogbɔna Yerusalem. Yonadab gblɔ na fia la be, “Kpɔ ɖa, woawoe nye emawo! Viwò ŋutsuwo gbɔna ɖa abe ale si megblɔ ene.” Eteƒe medidi o la, wova do henɔ avi fam. Fia la kple eŋumewo hã fa avi vevie. Absalom si yi Talmai, Amihud ƒe vi Gesuri fia gbɔ. Ke Fia David faa via ŋutsu la gbe sia gbe. Absalom si yi Gesur eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃. Esi Fia David dzudzɔ Amnon fafa la, edi vevie be yeagakpɔ ye vi Absalom." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/14-e9c2963b2a08af57839a41b34d959dbb.mp3?version_id=1613,"Esi Aʋafia Yoab kpɔ be David di vevie be yeagakpɔ Absalom la, eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene. Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.” Esi nyɔnu la ɖo fia la gbɔ la, emlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi le fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, fia, nyo nam!” Fia la biae be, “Nu kae le fu ɖem na wò.” Eɖo eŋu be, “Ahosie menye, srɔ̃nye ku. Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia. Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.” Fia la gblɔ nɛ be, “Gblẽ nya sia ɖe nye asi me; makpɔ egbɔ be ame aɖeke maka asi viwò ŋutsu la ŋu o.” Tekoa nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò; ne woaxa wò be nèkpe ɖe ŋunye alea la, maxɔ nya la ɖe ɖokuinye dzi.” Fia la yi edzi be, “Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe vɛ nam. Meka ɖe edzi na wò be magagblɔ nya aɖeke o!” Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.” David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!” Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!” David gblɔ nɛ be, “Bia faa!” Nyɔnu la gblɔ be, “Ekema nu ka ta nèɖo nu sia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti? Elabena le nyametsotso si nèna nu la, fia la bu fɔ eɖokui le esime megbugbɔ via si wònya de gbe la va aƒee o. Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe. “Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. Wò subɔla bu be, ‘Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia. Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’ “Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.” Fia la gblɔ be, “Medi be manya nu ɖeka.” Nyɔnu la biae be, “Nye aƒetɔ, nu kae?” Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam. Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo wò ŋkume to mɔ bubu dzi. Ke wò nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!” Ale David yɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, yi nàkplɔ Absalom vɛ.” Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!” Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem. Fia David de se be, “Absalom ate ŋu ayi eya ŋutɔ ƒe nɔƒe le fiasã sia me gake mekpɔ mɔ ado ɖe nye ŋkume le afi sia gbeɖe o. Nyemedi be makpɔe kura o!” Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o. Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa. Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka, Tamar, ame si dze tugbe ŋutɔ la nɔ Absalom si. Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve eye mekpɔ fia la o. Eɖo du ɖe Yoab be wòava aɖe kuku na ye fofo na ye gake Yoab gbe meyi o. Absalom gaɖo du ɖee zi evelia eye wògagbe yiyi. Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, “Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa” eye woyi ɖatɔ dzoe. Yoab yi Absalom gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka ta wò subɔlawo tɔ dzo nye lugble ɖo?” Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.” Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/15-c424284f720a251bcf59778b7430bbc8.mp3?version_id=1613,"Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ. Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,” Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.” Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!” Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ. Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ. Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa. Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ” Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.” Ale Absalom yi Hebron. Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.” Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o. Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe va ɖo Yerusalem eye wògblɔ na Fia David be, “Israelviwo katã de Absalom dzi eye wobla ɖe ŋuwò!” David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.” Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.” Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm. Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo. Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ. Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de. Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.” Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!” David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo. Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la. Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ. Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe. Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.” Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan. Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.” Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma. David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam. Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!” Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ. David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam. Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me. Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo. Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.” Ale David xɔlɔ̃ Husai trɔ yi dua me eye esi wòɖo teti ko la, Absalom hã va ɖo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/16-b8bcb0d2465ded67c4b90c01df8739ea.mp3?version_id=1613,"Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ. Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?” Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.” Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?” Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’ ” Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.” Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.” Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ. Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe! Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi! Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!” Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!” Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ” David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ. Alo ɖewohĩ Yehowa akpɔe be edo ɖiŋu nam dzodzro eye wòayram le eƒe fiƒodewo ta.” Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu. Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe. Le ɣeyiɣi sia me la, Absalom kple Israelviwo va ɖo Yerusalem; Ahitofel hã nɔ wo ŋu. Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!” Absalom biae be, “Aleae nàwɔ ɖe xɔwò, David ŋue nye sia? Nu ka ta mègale egbɔ o?” Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Elabena ame si Yehowa kple Israel tia lae mewɔa dɔ na. Nu ka ta nyemawɔ nenema o? Mekpe ɖe fofowò ŋu. Azɔ la, makpe ɖe ŋuwò.” Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?” Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.” Ale wotu agbadɔ aɖe ɖe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe, afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ nu le. Absalom yina ɖadɔa fofoa ƒe ahiãviwo gbɔ le agbadɔ la me le Israel blibo la ŋkume. Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/17-a88ef5bbd5733b29dac8e980717521bf.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Ahitofel gblɔ na Absalom be, “Na ame akpe wuievem ne míati David yome le zã sia me. Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko, eye makplɔ ame bubuawo katã vɛ na wò. Ame si dim nèle ƒe ku la anye ame bubuawo ƒe tɔtrɔ gbɔ; nuvevi mawɔ ame bubuawo dometɔ aɖeke o.” Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. Ke Absalom gblɔ be, “Mina míabia Husai, Arkitɔ la, nu si wòbu tso ɖoɖo sia ŋu.” Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.” Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Mebu be azɔ ya la, Ahitofel da ƒu. Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o. Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo. Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo. “Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la. Ekema ne mieke ɖe David ŋu la, miate ŋu atsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la ale be ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ anɔ agbe o. Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.” Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi. Husai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abiata bena; Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ametsitsiwo kple eya ŋutɔ tɔ na nunɔlawo. Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.” Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo. Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo. Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o. Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?” Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem. Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ. Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke. Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom. Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu. Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi. Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la tsɔ abadzivɔwo, agbawo kple zewo vɛ. Wotsɔ lu kple ƒo, wɔ, bli tɔtɔe, ayi kple anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/18-49bb0d6c3247f7e14e2bb823b1df97ff.mp3?version_id=1613,"David ƒo aʋawɔla siwo nɔ eŋu la nu ƒu eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple alafawo nu. Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.” Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.” Ale David nɔ tsitre ɖe dua ƒe agbonu esime aʋawɔlawo katã va tso eme. Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo. Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me. David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe. Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu. Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame. David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.” Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’ Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.” Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu. Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui. Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya. Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me. Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe. Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.” Yoab gblɔ nɛ be, “Ao, manye dzidzɔnya na fia la be via ŋutsu ku o; nyemele dɔwòm ɖe afi aɖeke o.” Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo. Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.” Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.” Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.” Yoab gblɔ azɔ be, “Enyo, heyi.” Ahimaaz to mɔ kpui aɖe si to gbadzaƒe la eye wòtre ɖoɖo na ŋutsu si tso Kus. David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ nya la na David. Fia la ɖo eŋu be, “Nenye eya ɖekae la, ekema nya aɖe le esi.” Esi dɔla la te ɖe wo ŋu la. Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.” Fia la ɖo eŋu be, “Ɖewohĩ eya hã anya tsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.” Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.” Fia la ɖo eŋu be, “Ame nyuie; etsɔ nya nyui gbɔnae.” Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.” Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?” Ahimaaz ɖo eŋu be, “Esi Yoab gblɔ nam be mava la, ameawo nɔ ɣli dom hoo, ke nyemenya nu si tututue dzɔ o.” Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi. Kustɔ la va do eye wògblɔ be, “Mehe nya nyui aɖe vɛ na nye aƒetɔ kple nye fia. Egbe la, Yehowa ɖe wò tso ame siwo katã tso ɖe ŋuwò la ƒe asi me.” Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, wò futɔwo katã nanɔ abe ale si ɖekakpui ma le fifia ene!” Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/19-291db181084d107f9c1eb17c0e19d011.mp3?version_id=1613,"Du ɖo Yoab gbɔ kaba be fia la nɔ avi fam na Absalom. Esi amewo se be fia la nɔ nu xam vevie la, gbe ma gbe ƒe dzidzɔ le woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ta trɔ zu nuxaxa gã aɖe. Aʋakɔ blibo la te ɖɔɖɔɖɔ va dua me abe ɖe woɖu wo dzi eye wogbɔ kple ŋukpe ene. Fia la tsyɔ asi mo, nɔ avi fam henɔ gbɔgblɔm be, “Oo, vinye Absalom, oo, Absalom, vinye, vinye!” Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene. Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ. Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.” Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi. Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?” Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe? Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’ Migblɔ na Amasa be, ‘Menye nye ŋutɔ nye lã kple ʋue nènye oa? Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi wu, ne tso azɔ dzi yina la, wò Amasa, manye aʋafia na nye aʋakɔ la ɖe Yoab teƒe o fĩi.’ ” Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.” Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene! Simei, Benyamintɔ, Gera ƒe vi, ame si tso Bahurim la ɖe abla tso tɔsisi la kple ame siwo tso Yuda be yewoado dzaa na Fia la. Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la. Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.” Abisai, Zeruya ƒe vi, bia be, “Ɖe womawu Simei esi wòƒo fi de Yehowa ƒe amesiamina la oa?” David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?” Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ. Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o. Esi wòtso Yerusalem va be yeakpe fia la la, fia la biae be, “Nu ka ta mèyi kplim o, Mefiboset?” Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye. Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò. Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?” David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.” Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!” Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Rogelim va be yeatso Yɔdan tɔsisi la kple fia la eye wòayi eƒe mɔ dzi tso afi sia. Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ. Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.” Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem? Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò? Ke wò dɔla atso Yɔdan tɔsisi la kpli wò, ade afɔ mɔ me na wò ʋɛe. Ke nu ka ta fia la natsɔ fetu geɖe sia nam ɖo? Meɖe kuku, na wò dɔla natrɔ adzo, ale be maku ɖe mía dedu me be mate ɖe fofonye kple danye ƒe yɔdowo ŋu. Ke wò dɔla, Kimham, nye esi; na wòakplɔ nye aƒetɔ fia la ɖo, be wòawɔ nu sia nu si nyo eye wòdze la na wò.” Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.” Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe. Fia la kplɔ Kimham ɖe asi eye woyi Gilgal. Ame geɖewo tso Yuda kple Israelviwo ƒe afã nɔ afi ma be yewoaxɔe. Ke Israelviwo fa konyi na fia la be ame siwo tso Yuda koe kpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ŋu le Yɔdan tɔsisi la tsotso me. Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!” Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.” Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/20-dccfa5d4dabb2f5b9dbb1338bdead33e.mp3?version_id=1613,"Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!” Ke Israel ŋutsuwo katã gblẽ David ɖi eye wodze Seba, Bikri vi yome! Ke Yuda ŋutsuwo nɔ woƒe fia la ŋu eye wokplɔe tso Yɔdan tɔsisi la ŋu yi Yerusalem. Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe. Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya. Ale Amasa yi ɖana nyanya aʋawɔlawo gake nu sia wɔwɔ xɔ wu ŋkeke etɔ̃ si wonae. David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.” Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome. Esi wova ɖo agakpe gã si le Gibeon gbɔ la, wodo go Amasa. Yoab do aʋawu eye adekpui si nɔ aku me la, nɔ eƒe alidziblaka ŋu. Esi wòɖe zɔ la, eɖe adekpui la le eƒe aku me. Yoab te ɖe Amasa ŋu hebiae be, “Èfɔa?” Yoab ku asi Amasa ƒe ge me kple ɖusi abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ nu nɛ ene. Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome. Yoab ƒe aʋakplɔlawo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ na Amasa ƒe aʋawɔlawo be, “Ne miele David dzi la, ekema miva dze Yoab yome.” Ke Amasa ƒe kukua mlɔ eƒe ʋu me le mɔa titina. Esi Yoab ƒe aʋakplɔlawo kpɔ be ameawo nɔ ƒu ƒom na ame kuku la kpɔkpɔ la, wohe ame kuku la tso mɔa dzi do ɖe gbe me eye wotsɔ awu aɖe tsyɔ edzi. Esi wohe ame kuku la le mɔa dzi la, ame sia ame dze Yoab yome be yewoalé Seba, Bikri vi la. Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me. Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me. Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.” Esi wòte ɖe eŋu la, nyɔnu la biae be, “Wòe nye Yoab la?” Yoab ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” Nyɔnu la gblɔ be, “Ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe nya.” Ke Yoab be, “Mele to ɖom wò nya.” Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi. Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?” Yoab ɖo eŋu be, “Mele eme nenema kura o, nu si dim mele koe nye ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bikri vi; etso Efraim ƒe tonyigba la dzi. Etso ɖe Fia David ŋu eya ta ne miatsɔe ade asi na mí la, ekema míaɖe asi le dua ŋu le ŋutifafa me.” Nyɔnu la gblɔ be, “Enyo, míada eƒe ta do ɖe mi to gli la ta.” Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem. Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la. Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu. Adoram kpɔa dɔwɔlawo dzi. Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye nyadzɔdzɔwo ŋlɔla, Seve nye nuŋlɔla eye Zadok kple Abiata nye nunɔlawo. Ira, Yairtɔ la nye nunɔla le David ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/21-8e3688214933ed2370cfffe1965e9973.mp3?version_id=1613,"Dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ le David ƒe fiaɖuɣi. David do gbe ɖa na Yehowa ɖe eta eye Yehowa gblɔ na David be, “Dɔ sia to le Saul kple eƒe ƒometɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wowu Gibeontɔwo.” Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta. David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?” Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.” David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.” Woɖo eŋu na fia la be, “Le ame si tsrɔ̃ mí eye wòɖo nugbe ɖe mía ŋu, na wowu mía dometɔ aɖewo eye teƒe aɖeke mele mía si le Israel ƒe akpa aɖeke o ta la, na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.” Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta. Ke etsɔ Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, Armoni kple Mefiboset ame siwo nye Saul ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Aya dzi la na wo. Eɖe asi le Saul ƒe vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃ siwo wòdzi na Adriel si nye Barzilai, Meholatitɔ la hã ŋu na wo. Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze. Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o. Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la, eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi. David lɔ Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo eye wòƒo ƒu Saul ƒe vi adreawo hã ƒe ƒuwo. Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu gbe ɖeka. David kple eƒe amewo wɔ aʋa la ale gbegbe be ɖeɖi te David ŋu eye wògbɔdzɔ. Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge. Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?” Emegbe, le aʋa aɖe me kple Filistitɔwo le Gob la, Sibekai, Husatitɔ la wu Saf si tso Rafa ƒe dzidzimeviwo dome. Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo le Gob la, Elhanan, Yair Betlehemtɔ ƒe vi wu Goliat si nye Gititɔ, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene. Le aʋa bubu aɖe si wowɔ le Gat me la, ame dzɔatsu aɖe si to asibidɛ ade ɖe asi ɖeka kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖeka, wo katã le blaeve-vɔ-ene eye eya hã tso Rafa ƒe dzidzime la ɖu fewu le Israel ŋu ale Yonatan, ame si nye, David nɔviŋutsu Simea ƒe vi la wui. Ame ene siawo nye Rafa ƒe dzidzimeviwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/22-232689b08f79590fa09db04424b835ae.mp3?version_id=1613,"David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso, nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ. Nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye ɖela èɖem le nye futɔwo katã ƒe asi me. “Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me. Ku ƒe ƒutsotsoewo ƒo xlãm, vɔ̃ ƒe tɔɖɔɖɔwo gbã ɖe dzinye. Tsiẽƒe ƒe kawo blam eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. “Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me. Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu; dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui. Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo. Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te. Ede Kerubiwo dzi eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi. Ewɔ viviti nɔ eme abe agbadɔ ene eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae ƒo xlãe dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ. Yehowa ɖe gbe tso dziƒo; eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe. Eda eƒe aŋutrɔ eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa eye wòtɔtɔ wo. Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta. “Edo asi ɖa tso dziƒo lém, heɖem tso tɔ goglowo me; tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sẽ wum akpa la ƒe asi me. Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ. Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadza; eɖem elabena nye nu nyo eŋu. “Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza ta. Melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi. Nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o; Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o. Nyemeɖi fɔ le eŋkume o eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ. Eya ta Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta. “Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o. Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu. Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi. Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli. Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli. “Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee. Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa? Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa. Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo. Efia aʋawɔwɔ nye asiwo eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli. Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam. Ebɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm. Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o. “Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo; nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃. Metsrɔ̃ wo gudugudu eye ɖeke magate ŋu afɔ o. Wodze anyi ɖe nye afɔ nu elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi. Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo. Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo gake ame aɖeke mexɔ na wo o elabena Yehowa metɔ na wo o. Metu wo, wozu abe ke ene. Megbã wo, wokaka abe ʋuʋudedi si le ablɔwo dzi ene. “Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la si me, èkpɔ tanye abe dukɔwo ƒe fia ene; eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo. Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume. Dzi ɖena le wo katã ƒo eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me. “Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la ɖe dzi bobobo! Eyae nye Mawu, ame si bia hlɔ̃ nam. Etsɔ dukɔwo de nye afɔ te. Èɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me, ɛ̃, èkɔm gbɔ nye futɔwo ta eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me, eya ta ele be makafu wò, Oo Yehowa, le dukɔwo katã dome eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ. “Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/23-d8aa7596e0af61a2a70d5eab94bafdd4.mp3?version_id=1613,"David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo: “David, Yese ƒe vi le nu ƒom, David, ame si Yehowa, do ɖe dzi, David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina, David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala. “Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye eye eƒe nya le nye aɖe dzi. Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la, anɔ abe ŋdikekeli ene, ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o si naa gbe mumu dona tso anyigba me le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’ “Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa? Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene. Ŋuti si womefɔna kple asi o. Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ, ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.” Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo: Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me. Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome. Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha! Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la, Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe. Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi. 16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.” Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume, hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!” “Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.” Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã. Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui. Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu. Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome: Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome. Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem; Sama tso Harod; Elika tso Harod; Helez tso Palti; Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa; Abiezer tso Anatɔt; Sibekai tso Husat; Zalmɔn si nye Ahohitɔ, Maharai tso Netofat; Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat; Itai, Ribai ƒe vi, tso Gibea, le Benyamin ƒe to la me; Benaya tso Piratɔn; Hidai tso afi si Gaas tɔʋuwo le; Abi Albon tso Arbat; Azmavet tso Bahurim; Eliahba tso Saalbɔn; Yasen ƒe viwo; Yonatan; Sama tso Hara, Ahiam, Sarar ƒe vi, tso Harar; Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka; Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh; Hezro tso Karmel; Parai tso Arba; Igal, Natan ƒe vi tso Zoba; Bani tso Gad; Zelek tso Amon; Naharai tso Beerot; Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla; Ira tso Yatir; Gareb tso Yatir; kple Uria, Hititɔ la. Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2SA/24-b2fb799d9c0a88453282192195e25d2e.mp3?version_id=1613,"Yehowa gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòna be David tso ɖe wo ŋu gblɔ na wo be, “Miyi miaxlẽ ame siwo le Israel kple Yuda.” Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.” Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?” Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ale wodzo le fia la ŋkume be woaɖaŋlɔ ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la ƒe ŋkɔ. Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer. Tso afi ma woyi Gilead le Tatimhodsinyigba dzi heyi Dan Yaan eye woƒo xlã yi Sidon. Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe. Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe. Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi (800,000) le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ (500,000) le Yuda. David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.” Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be, “Yi nàgblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mele nu etɔ̃ ɖom ŋkuwò me. Tia wo dometɔ ɖeka esi mawɔ ɖe ŋutiwò.’ ” Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.” David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.” Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba. Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖa be yeatsrɔ̃ Yerusalem la, dzɔgbevɔ̃e la ve Yehowa eye wògblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le ameawo dome la be, “Enyo gbɔ! Ɖe wò asi ɖa.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe le ɣe ma ɣi me. David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.” Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.” David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ. Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume. Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?” David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.” Arauna gblɔ na David be, “Nye aƒetɔ fia, wɔ nu sia nu si hiã wò la ŋu dɔ faa. Nyitsuwoe nye esiawo na numevɔsa; àte ŋu awɔ lugbɔnuwo kple nyitsuwo ƒe kɔkutiwo ŋu dɔ hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi. Matsɔ wo katã na wò faa. Yehowa, wò Mawu la naxɔ wò vɔsa.” Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.” Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta. David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/1-4751210c47423b9d70c3cb88bba1d10b.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye, xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame kɔkɔe siwo katã le Akaya: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi. Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ. Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe. Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena. Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me. Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí, eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe. Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me. Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa. Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe amenuveve si na be míenɔ dedie la ta. Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me. Elabena míeŋlɔ nya bubu aɖeke na mi, si miate ŋu axlẽ alo ase egɔme o. Mele mɔ kpɔm be, abe ale si miese míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene. Esi meka ɖe miaƒe nugɔmesese dzi tae medi be mava mia gbɔ gbã le nye mɔzɔzɔ me, ale be miagaxɔ yayra ɖe yayra dzi. Tso mia gbɔ la, mayi Makedonia eye ne metrɔ tso Makedonia la, magava to mia gbɔ ale miado mɔm ne medzo yina Yudea. Ɖewohĩ mianɔ biabiam be ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe xexea me tɔ siwo menya Kristo o, ne nya la nye “ɛ̃” la, wogblɔna be, “ao” ene mahã? Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ɛ̃” nye “ɛ̃.” Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya la nye “ɛ̃” la, wògblɔ be, “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi. Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa “Amen” to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu. Medi be wòanɔ susu me na mi be Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la. Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene. Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzi me ke abe ɖasefo ene be nu si gblɔm mele na mi la nye nyateƒe tututu; susu si ta nyemetrɔ va Korinto haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi, eye mawɔe be miaxa nu o. Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase. Ke medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi, nye dɔwɔhatiwo ne meva, menye be mana mialé blanui o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/2-4cb30f6260e1da47b9fae9b1de9eba79.mp3?version_id=1613,"Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o, elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miate ŋu ado dzidzɔ nam ne mele mia gbɔ o. Evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o. Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe. Nuxaxa kple vevesese geɖe nɔ nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie. Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe edzi fũu o. Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe ame ma dzi la sɔ gbɔ nɛ. Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ. Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene. Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã? Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko. Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee. Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie, gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia. Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi. Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome. Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo? Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/3-bc070eca0b7f768a6925cb79ba7c0a37.mp3?version_id=1613,"Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum enea? Alo ɖe wòhiã mi abe ame aɖewo ene be míatsɔ kafukafugbalẽwo vɛ na mi alo míaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã? Miawoe nye míaƒe agbalẽ si woŋlɔ ɖe miaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye woxlẽnɛ. Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi o, ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o. Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Kristo dzi. Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ. Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me. Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo woŋlɔ ɖe kpe dzi, siwo dzi mawɔmawɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be Israelviwo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o, gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo. Ke azɔ la, ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ subɔsubɔ la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa? Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ, si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me. Le nyateƒe me la, ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o. Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi ɖaa. Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mía si ŋuti la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo. Míawo ya la, míewɔna abe ale si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ nu si nu tsina ƒe nuwuwu o la ene. Va se ɖe egbeŋkekea dzi la, menye Mose ƒe mo ko wotsyɔ nue o, ke boŋ Israelviwo hã ƒe susuwo kple nugɔmesese dzie, elabena wogaɖoa dzi ɖe Nubabla Xoxoa ŋu, eye woxlẽnɛ ɖaa abe nu si ko me woƒe mɔkpɔkpɔ le ene, evɔ wònye to Kristo dzixɔse me ko hafi woate ŋu adzo le vivitia me, eye agbe ƒe kekeli la nadze na wo. Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Seawo la, nutsyɔnu gatsyɔa wofe mo kokoko. Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ eye wòxɔ Aƒetɔ la la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ si na be wòle viviti me la, ɖena ɖa. Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le ko la, afi mae ablɔɖe le. Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/4-1eb55db395fbebd56e0e0ae91c1cc276.mp3?version_id=1613,"Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí be ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o. Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume. Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔme sese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siawo ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me. Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti. Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me. Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso. Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o, woti mía yome, gake Mawu megble mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o. Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be woaɖe Yesu ƒe agbe hã ɖe go le míaƒe ŋutilã me. Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me. Eya ta ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me. Abe ale si woŋlɔ ɖe mawunya me ene be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se, eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o. Míenya be Mawu, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre, eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ. Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo, eye wokpɔ gome le eme la, zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la. Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe. Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa. Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/5-d68989c44b373168cdda05496011c626.mp3?version_id=1613,"Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo. Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigbadziŋutilã siawo me, eya ta wòle mía dzrom vevie, eye míele mɔ kpɔm gbe sia gbe be Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene. Elabena menye gbɔgbɔ me ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la. Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi. Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me, eya ta wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene. Azɔ la, míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae be zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o. Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o. Ke dzideƒo blibo le mía si, eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me. Ke míaƒe didi vevie nye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me. Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃. Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã, eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya be míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ, eye mexɔe se be miawo hã mienyae le miaƒe dzi me nenema tututu. Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi. Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi. Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko. Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o. Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, “kpɔ ɖa!” nuwo katã zu yeye. Nu siawo katã tso Mawu, ame si wɔ mí etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye. Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã. Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/6-528b359a493647580b8538f11a96494c.mp3?version_id=1613,"Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o. Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe! Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o, esia ta míena nuɖiɖia aɖeke le naneke me o. Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene. Woƒo mí, eye wode mí gaxɔ me. Ame siwo lɔ veve helĩhelĩ ɖe dzi me la tso ɖe mía ŋu kpɔ. Míewɔ dɔ sesĩe, eye ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e, eye dɔ wua mí. Le nu sia nu me la, míenɔa anyi le dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi, eye míenyoa dɔ me na ame sia ame. Ale si míedze si Aƒetɔ la ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o. Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si. Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na. Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o. Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ, eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míele abe ame siwo nye ame dahewo ene, gake míena ame geɖewo zu kesinɔtɔwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene, gake nu sia nu le mía si. Nɔvi Korinto hametɔ lɔlɔ̃awo, meʋu nye dzi me faa gblɔ nu siwo le eme la na mi. Míelɔ̃a mi ŋutɔ, eya ta míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi blibo me, gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo míewɔe na mi ene o. Azɔ la, medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔŋutɔwo ene. Mina be miaƒe dɔ me nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃ mie ene. Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me? Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ? Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.” Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.” Ke, “Manye mia Fofo, eye miawo hã mianye, vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/7-c812666d859c7002211b3427433079db.mp3?version_id=1613,"Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe. Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la, míekplɔ ame aɖeke to mɔtatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o, eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe wo me. Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi, eye maku hã kpli mi. Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ, eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ, eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ. Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒo xlã mí. Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia ɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ. Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ. Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ. Fifia la, megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Azɔ la, mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe be meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele dzidzɔ kpɔm be miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ, eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eya ta menye míawoe na miexa nu o. Elabena ɣe aɖewo ɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe xa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta, gake metrɔ dzi me o la, ahe ku vɛ. Miawo ŋutɔ mikpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia si miexa ɖe Mawu ƒe didi nu la he vevidodo geɖe vɛ na mi. Ena mieku kutri, eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wowɔ la dzi o. Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si wɔ vɔ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume. Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta. Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ, eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke megblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã. Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi. Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo mía dome azɔ la, ena be nye hã mekpɔ dzidzɔ blibo, eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu sia nu me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/8-f514d31fbbe77e2970d114adf728a375.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la na mi. Togbɔ be wole fu geɖe kpem, eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔ me faa, eye wodzɔa nu kple dzidzɔ. Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti be wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ, eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa, ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o. Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem. Esi ƒo wo katã ta, eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la kple míawo hã to Mawu ƒe amenuveve me, eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na yewo la. Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome. Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya, veviedodo nu kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me. Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo ene. Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo. Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu, elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa, eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã. Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo gɔme dzidzɔtɔe alea la, miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso nu si le mia si la me. Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o. Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku, ana ga fũu be ame siwo miele nua dzɔm na la nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o, ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la, nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua. Abe ale si wòle Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la mee ene be, “Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o.” Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene. Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã. Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti. Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia. Míewɔ esia elabena míedi be ame aɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si míena wodzɔ la ŋuti o. Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia. Míegale nɔvi bubu hã ɖom ɖe mi kpe ɖe wo ŋuti, ame sia hã nye hadɔwɔla vevi ɖeka. Eya hã di vevie be yeakpe ɖe mia ŋu, esi megblɔ míaƒe vevidodo nu nɛ. Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi be ame kae nye Tito hã la, migblɔ be enye nye dɔwɔhati, eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwo wonye tso hame bubuawo me, eye wonye subɔla vavãwo kple bubu na Kristo. Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã, eye miɖee fia le hameawo ƒe ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/9-10903646139ca39a77bc3a0afc5fe086.mp3?version_id=1613,"Mikpɔe be megahiã kokoko bena magaŋlɔ agbalẽ na mi le ale si wòhiã be miana nu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem o, elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme. Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nunanawo elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o. Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ, eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o. Esia ta mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzi me, eye menye tso dzizizi me o. Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi. Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la. Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti dɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo atsɔ afia dɔ nyui wɔwɔ. Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be: “Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi didiƒewo ke, eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe.” Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã. Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta. Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu. Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyui la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã. Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie, ada akpe gã aɖe na Mawu le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta. Akpedada woatsɔ ana Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/10-aac2d51c0cf3790383cc264cccae8594.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi kple tufafa abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, ne mele adzɔge la, nye nya dzi “sesẽna”, gake ne meva yewo gbɔ ko la, menɔa anyi abe “vɔvɔ̃nɔtɔ” ene. Mele kuku ɖem na mi be migana makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la dzi, gake nyemedi be mawɔ alea o. Enye nyateƒe be míele ŋutilã me zɔm gake, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o. Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi. Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo. Eye míele dzadzraɖo me be ne miaƒe toɖoɖo made blibo o la, ekema míahe to na ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale la. Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme be ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Kristo ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, míawo hã míate ŋu agblɔ esia. Ɖewohĩ la, awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene, gake nye la, menye ŋukpe nam o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mi ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o. Nyemedi be miabu be ɖeko mele vɔvɔ̃ dom na mi kple nye agbalẽwo o. Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ne ele adzɔge la, eyae wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame, gake ne eya ŋutɔ va la, megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.” Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge afia wo. Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be, ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã? Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le mía si la ko ŋu; míaƒo adegbe le dɔ si Mawu de mía si be míawɔ, eye esi míewɔ le mia dome la koe nye míaƒe taɖodzinu. Míedze agɔ ne míegblɔ be ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi. Eye menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta o, ke míaƒe didi vevie nye be miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia dome le ɖoɖo si wona mí la nu. Le esia megbe la, miate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o, be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke magagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o. Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.” Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwo ŋuti la medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/11-f97964f8252a5df9b6fec417a43467d8.mp3?version_id=1613,"Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi. Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene. Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene. Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe, eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe. Ke nye Paulo mexɔe se be ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la menyo wum le mɔ aɖeke nu o. Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene. Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa? Le ɣeyiɣi si me menɔ gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ. Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o. Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o, eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti. Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi Kristotɔwo o, eya ta megblɔ esia ɖo, gake mele eme nenema o, elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie. Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te. Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye. Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣe aɖewo ɣi abe Mawudɔla ene. Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o, gake le nuwuwu la, woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta. Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nu abe ame mawo ene o, eye nenye be nyemenya ale si maƒo nu abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene, eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene. Adegbe sia ƒoƒo kple kakaɖedzi menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o, gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nue ene. Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexea me ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fifi laa. Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe. Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o. Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenem nu ma ŋu, eye enye dada nam be megale nu ƒom abe bometsila ene. Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye. (Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna. Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ. Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi gɔ̃ hã la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka. Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe. Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o. Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti. Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la, etena ɖe dzinye, eye nye hã megbɔdzɔna enumake eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me. Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖeko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu. Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya be nyateƒe gblɔm mele. Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém, gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu, eye wokɔm da ɖe kusi la me hetsɔ to fesre si le glia me la me, eye mesi dzo le egbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/12-9e9707c22863da2d8ec4cad13fd904cd.mp3?version_id=1613,"Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o. Movinyawo sɔŋ ko wonye, gake mele edzi yi ge. Mina maƒo nu le Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple ɖeɖefiawo ŋu. Menya ŋutsu aɖe le Kristo me. Anɔ abe ƒe wuienee nye esia ene la, eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae. Wokɔ nenem me sia yi dziƒo etɔ̃lia. Migabiam be ŋutilã mee wònɔ alo gbɔgbɔ mee wònɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya, gake menya be wokɔe yi Paradiso la me vavã. Le afi ma la, wose nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ be woagblɔ wo na ame aɖeke o. Nu si teƒe wòkpɔ la nye nu xɔasi aɖe si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le, gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe, gake Mawu wɔ dɔ le ŋutinye hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti. Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la, mawɔm movitɔe o; elabena wonye nyateƒe. Ke nyemawɔe o, be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me. Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna. Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔléle sia ɖa le menye. Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye. Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue. Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o. Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene, eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome. Nu ka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu? Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemenye agba na mi o. Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem! Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ, eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewo mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Dzilawoe wòle be wòakpɔ wo viwo dzi. Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be, “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o, gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.” Enye nyateƒea? Ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia? Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna. Ɖewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ, ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo, abe Kristotɔwo ene la, mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me, be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me. Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome. Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume, eye mafa konyi le ame geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye, ahasiwɔwɔ kple hadzedze siwo wowɔ la ŋuti la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CO/13-d1c2d89a0298c9d8f81e5457bbf4e42d.mp3?version_id=1613,"Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi me.” Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la, megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ wo ɖo o, elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristo megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome. Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke míegbɔdzɔ le eya amea me, gake to Mawu ƒe ŋusẽ me la, míele agbe be míasubɔ mi. Mido mia ɖokuiwo kpɔ be miele xɔse me vavã mahã? Nenema ke midzro mia ɖokuiwo me. Ɖe miekpɔ dze sii be Kristo Yesu le mia me oa? Negbe ɖe mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o. Mexɔe se be mi katã mialɔ̃ ɖe edzi kplim be mieto dodokpɔ la me. Míaƒe gbedodoɖa na Mawue nye be miagawɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi o. Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la, ele be miawo ya miawɔ nu nyui. Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋuti o; ke nyateƒe la boŋ ye míate ŋu awɔ nane na. Enye dzidzɔ na mí ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, míekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti. Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o. Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi. Mido gbe na mia nɔewo le Kristo me. Ame kɔkɔe siwo katã le gbɔnye afi sia la do gbe na mi nyuie. Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kple mi katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/1-5a16c4a835e58ee3732f91aee75bceb3.mp3?version_id=1613,"Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi. Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo, ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’ ” Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi, eye wònɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me. Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie, si de ŋgɔ wum sãa, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o. Nye la, tsi ko metsɔ de mawutsi ta na mi, gake eya adee na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!” Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ, eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisi la me. Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.” Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dui wòyi gbedzi. Enɔ gbea dzi ŋkeke blaene, eye Satan va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome, eye mawudɔlawo va do ŋusẽe to subɔsubɔ me. Esi Fia Herod lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la. Eɖe gbeƒã be, “Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.” Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome. Esi wozɔ ƒuta la yina sẽe la, Yesu gakpɔ Zebedeo ƒe viŋutsuwo, Yakobo kple nɔvia Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake. Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma. Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ. Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.” Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme. Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe. Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me, Ŋudza lé Simɔn lɔ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme. Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu. Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu. Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye. Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii. Esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ameha la le diwòm.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be míayi du bubuwo hã me be magblɔ nyanyui la na woawo hã, elabena esia ta meva ɖo.” Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã. Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.” Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ. Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/2-924e67dceb08da300b780cc1eb10ab90.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme. Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!” Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?” Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’ Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be, “Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!” Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!” Yesu gado go yi ƒuta, eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la. Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome. Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome. Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?” Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.” Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ. “Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu. Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.” Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu. Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa? Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.” Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o. Gawu la, ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/3-cae3af12877f61823bf3ce80e86614a4.mp3?version_id=1613,"Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo. Esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wotso enumake ɖawɔ ɖoɖo kple Herod dunyaheha, si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea. Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va. Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome, elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko. Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,” gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o. Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi, eye wòbia tso ame siwo wòtia la si be woava do go ye le afi ma, eye woyi. Azɔ la, etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe, eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya na amewo, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”); Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo ƒe vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla, kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi. Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o. Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da. Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.” Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti? Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃. Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. Mele nyateƒe la gblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo, ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.” Yesu gblɔ nya sia, elabena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, wodɔ ame aɖe be wòayɔe na wo. Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.” Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?” Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo! Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/4-e37fe3b338fe9ed91e36340936822439.mp3?version_id=1613,"Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me hafi nɔ nua fiam. Efia nu geɖe amewo to lododowo me. Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee! Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me. Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi. Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ, gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o. Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o. Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku blaetɔ̃, eye ɖewo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.” Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si to senu li na la nesee.” Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me. Miɖo ŋku edzi be, “Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ; be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.” Ale Yesu gblɔ na wo bena, “Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo sia gɔme o ɖe, aleke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme? Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo. Mɔto, afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake. Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la, eye woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna. Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la, woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me, gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexea me ƒe nudzroame geɖewo zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe Nya si wose la dzi, metsea ku aɖeke o. Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe Nya la le nyateƒe me, eye wòtsea ku geɖe na Mawu, blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka gɔ̃ hã.” Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi alo danɛ ɖe abati te mahã? Alo menye akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo o mahã? Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka. Ne to senu li na mi la, misee! Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi, elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme. Ame si si nu le la, eyae woana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ sue si le esi la gɔ̃ hã le esi.” “Lododo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒe la le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me, eye wòdzo, ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nuku la ŋutɔ tsi le eɖokui si, eye agbledela la mewɔ dɔ aɖeke o, elabena anyigba la ŋutɔ nyo xoxo. Gbã la, aŋgba fɛ̃wo do tso anyigba ƒe tu me, emegbe la, nuku la ƒo se, eye mlɔeba la, etse ku. Ke esi kutsetse la ɖi la, agbledela la yi agble la me kple eƒe nuxahɛ, eye wòxa nuku la.’ ” Yesu yi edzi bia wo be, “Aleke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe la le la afia mie. Lododo ka tututu matsɔ asɔ kplii? Mawufiaɖuƒe la le abe atiku suetɔ kekeake ene le anyigba dzi. Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la, etsina zua ati dzɔatsu le abɔmetiwo katã dome, eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.” Yesu wɔ lododo vovovowo ŋu dɔ tsɔ fia nu amewo. Ewɔ esiwo gɔme amewo ate ŋu ase la ŋu dɔ. Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo. Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.” Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wodze mɔ, hegble ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome. Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ. Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?” Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?” Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/5-1e6722501415e2e2d8f4dbc1524d9175.mp3?version_id=1613,"Wotso ƒu la, eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nutowo me. Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee. Ame sia ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ me, eye ame aɖeke magate ŋu ablae alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o, elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsoa wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui, alée wòanɔ anyi kpoo o. Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo. Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ ƒua dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eƒe akɔme. Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!” Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃.” Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me.” Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo ɖo ɖe du didi aɖeke me o. Eva eme be aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe toa ŋu la dzi. Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku, nya mí ɖo ɖe ha mawo me.” Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve (2,000) ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku. Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la. Le esia ta, eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ ŋutsu si me legio gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã la wòdo awu nyuie, nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã. Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la kple haawo dzi la hã yi ɖagblɔe na ame bubuwo, ale amewo gava fũu, eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nuto la me ne yewoakpɔ vovo. Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii, gake egblɔ nɛ be, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.” Ŋutsu la dze mɔ, eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame, eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ. Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu. Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.” Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ. Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu, elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ.” Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya. Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?” Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?” Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia. Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ. Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.” Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.” Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.” Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me. Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒe la, elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo. Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!” Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me. Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi! ” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”). Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo. Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/6-88ddfe6f27408aeaa14d601cb4c24201.mp3?version_id=1613,"Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me. Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm! Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ. Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.” Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ dɔ wo. Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Egblɔ na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, negbe atizɔti ko. Migatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o. Migatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti hã o. Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me; miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o. Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.” Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔa dzi la be wòatrɔ dzime. Wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye wosi ami na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu. Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.” Ame aɖewo hã bu be Yesue nye Eliya, Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka, si gava dzɔ, eye ɖewo hã bu be Yesue nye Mawu ƒe Gbeƒãɖela yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi la ene. Ke Herod ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes, ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔ me.” Herod sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta, elabena Yohanes gblɔ na Herod be, “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.” Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o, elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii. Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me. Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò.” Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò.” Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.” Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.” Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le atam si wòka la dzi le eƒe ame kpekpeawo ŋkume, eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me hetsɔ de agba me vɛ na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa. Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la nɛ. Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o. Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu, gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo. Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tso abo, evɔ zã hã le dodom, eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.” Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.” Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.” Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000). Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me. Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa. Le zã me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota. Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene, gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.” Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ, elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ. Wotso ƒu la va ɖi go ɖe Genesaretnyigba dzi, eye wotɔ ʋu la. Ke esi wodo go le eme la, ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake, eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ. Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/7-f2f6586e003afc0e3e66dfa30312ed6e.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ. Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o. (Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene. Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.) Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “ ‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’  Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi. Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta. “Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’ gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.” Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme. Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [ Ame si to senu li na la nesee.]” Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo. Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o? Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.) Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame, elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.” Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o. Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ. Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.” Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.” Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme. Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe. Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”). Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie. Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la. Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/8-6c956ce931c6f4114cec3aa28df37ee9.mp3?version_id=1613,"Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le teƒe aɖe gbe ɖeka, eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be, “Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o. Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?” Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre.” Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme. Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre. Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene (4,000). Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe. Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu la me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo, wova ɖi go ɖe Dalmanuta nuto me. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nya kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Wɔ dzesi aɖe tso dziƒo fifia míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.” Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.” Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋu la me, eye wòtso ƒu la heyi ɖe go kemɛ dzi. Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si. Esi wonɔ ƒua dzi yina la, Yesu xlɔ̃ nu wo be, “Mikpɔ nyuie le Herod kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu la ŋu.” Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la, eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋuti Yesu nɔ nu ƒom le ene. Yesu nya nya si gblɔm wonɔ, ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o ɖo? Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa? Miaƒe ŋkuwo la, nu wobe miakpɔ kpli wo, ke nu ka ta miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o ɖo? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa? “Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi neni miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.” Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene (4,000) kple abolo adre ɖe, abolo kusi nenie susɔ?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.” Azɔ egblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?” Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe. Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?” Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, “Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!” Yesu gaɖo asi ame la ƒe ŋkuwo dzi ake, ke fifia la, eƒe ŋkuawo ʋu nyuie, eye wònɔ nu kpɔm nyuie. Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.” Ke ebia woawo ŋutɔ be, “Ame ka miawo ya miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo la!” Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o! Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.” Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.” Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ. “Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me? Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/9-a5ed07d11c0a28c12971d2f32f13b7f2.mp3?version_id=1613,"Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.” Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe, eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o. Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii. Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” (Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.) Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.” Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo. Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu. Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?” Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo? Ke mele egblɔm na mi be, Eliya va, wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.” Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo. Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ. Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?” Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.” Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.” Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu. Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.” Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.” Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ. Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.” Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze me la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka ʋlim mienɔ?” Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu. Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!” Azɔ ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamee le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖeka wònye o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o. Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi. Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’ “Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa. Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o. [ Afi si, “ ‘woƒe nye mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.]’ Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. [ Afi si, “ ‘woƒe nye mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.]’ Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve, afi si, “ ‘woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.’ Eye woatsɔ dzo bibi ade dze ame sia ame wòatee.” Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/10-efbb8ff1aa71ba19fd16515c014ae9e2.mp3?version_id=1613,"Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene. Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?” Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose ɖe mɔ be srɔ̃ŋutsu naŋlɔ agbalẽ na srɔ̃nyɔnu be yegbee.” Yesu ɖo eŋu be, “Miaƒe dzimesesẽ tae Mose de se sia na mi ɖo. Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze me ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu. Le esia ta ŋutsu agble fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnu la ŋuti eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. Esia ta nu si ke Mawu bla la, ame aɖeke megama eme o.” Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe me la, nusrɔ̃lawo gado srɔ̃gbenya la ɖa. Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu la ŋu. Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a, eye wòɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.” Gbe ɖeka la, ame aɖewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔ be wòayra wo. Ke nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o. Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ la, medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la! Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.” Azɔ exɔ ɖeviawo ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo. Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe ƒu du va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?” Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.” Ɖekakpui la gblɔ na Yesu be, “Nufiala, mewɔ se siawo katã dzi tso nye ɖevime ke.” Yesu kpɔe dũ eye wòlɔ̃e, gblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàdzra wò nuwo katã, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va, nàdze yonyeme.” Ɖekakpui la yrɔ esi wòse nya siawo; eƒe mo trɔ zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe. Esi wòdzo yina la, Yesu kpɔ eyome dũu eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!” Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato tɔnui ƒe do me ado go tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Ame kae akpɔ ɖeɖe?” Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be, “Esia sesẽ na amegbetɔwo, gake ele bɔbɔe na Mawu ya, elabena naneke mesesẽ na Mawu o.” Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.” Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ si wotsɔ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la, woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kple yometiti le agbe sia me. Gake le agbe si gbɔna me la, woakpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo nye gbãtɔwo la, woazu mamlɛtɔwo eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la woazu gbãtɔwo.” Esi wodze mɔ yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ ɖo ame siwo hã nɔ eyome. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe kpɔe, eye wògagblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo: Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Amegbetɔ Vi la akplɔ ayi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso kufia nɛ, akplɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la be woawu. Woaɖu fewu le eŋu vevie, aɖe ta ɖe eŋu vlodotɔe, aƒoe kple atam eye woawui, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, atsi tsitre tso ame kukuwo dome.” Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo va egbɔ, va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ nane na mí.” Yesu bia wo be, “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu nɛ be, “Míedi be míanɔ wò nuɖusime kple wò miame le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le la me, eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala, gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zikpuiwo dzi le nye nuɖusime kple nye miame o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.” Nusrɔ̃la ewo mamlɛawo se nya si Yakobo kple Yohanes ɖabia Yesu, ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. Le esia ta Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔe hegblɔ na wo be, “Abe ale si mienya ene la, dukɔwo ƒe kplɔlawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi, gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye amegã le mia dome la, ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla, eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi, elabena Amegbetɔ Vi la meva be ame aɖeke nasubɔ ye o. Ke boŋ be wòasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.” Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto. Esi Bartimeo se be Yesu Nazaretitɔ la va yina la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam!” Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Ɖo to kaba!” Gake egado ɣli sesĩe wu tsã be, “Ao, David ƒe Vi, kpɔ nublanui nam.” Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva.” Ale wogblɔ nɛ be, “Wò dzi nedze eme. Yesu le yɔwòm, tso va.” Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ. Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na ye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Nufiala, medi be makpɔ nu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, ava eme na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/11-668eba9636469d92d6db361349fa6fcd.mp3?version_id=1613,"Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo. Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ. Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ ” Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la, ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?” Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo. Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe. Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi nɛ fũu. Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ, eye ɖewo hã nɔ eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana!” “Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.” “Woakafu Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí!” “Hosana le dziƒo ʋĩi.” Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom. Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi. Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o. Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la. Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo, eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o. Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ” Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti. Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo. Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu. Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!” Yesu ɖo eŋu be, “Mixɔ Mawu dzi se. Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ. Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã. Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [ Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.]” Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, “Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam. Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.) Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/12-9aa196f55dea7527e230466eaa71172b.mp3?version_id=1613,"Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me. Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔla ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenuku la ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye, gake agblea dzi nɔlawo ƒo ame dɔdɔ la, henyae ɖo ɖa asi ƒuƒlu. “Agbletɔ la gaɖo dɔla bubu ɖa, gake woƒo eya hã, de abi eƒe ta ŋu, hedo ŋukpee. Ame si wògaɖo ɖa la, wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi la, woƒo ame dɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ɔ si wòlɔ̃ vevie la. Mlɔeba la, eɖo eya hã ɖa, kple susu be woade bubu eŋu. “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!” Ale wolée hewui, eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agble la godo. “Nu ka miebu be agbleatɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe, ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã, eye wòatsɔ agble la ade ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa? Aƒetɔ lae wɔ nu sia, eye wònye nukunu le mía ŋkume.’ ” Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko, elabena wonya be yewo ŋue wòdo lo sia ɖo. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wodzo le egbɔ. Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herod dunyahela aɖewo be woalée le eƒe nuƒo me. Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmee! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo o? Ɖe míadzɔe loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si woƒe alakpanuwɔwɔ, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele teyem kpɔ? Mitsɔ ga si Romatɔwo ɖuna la ƒe ɖeka nam makpɔ.” Tete wotsɔ ga la nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu yi edzi be, “Nu si nye Kaisaro tɔ la, mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la, mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia na ameawo tɔtɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o. Eteƒe medidi o la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye habɔbɔ aɖe, siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o. Wobia Yesu be, “Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosi la, adzi viwo ɖe foa si ku la ƒe ŋkɔ me. Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, eye wòku vimadzii. Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbe la yome la ɖe ahosi la. Eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔe ɖo la ɖe ahosi la, gake eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o. Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi, eye nyɔnu la hã va ku. Fifia la, nu si míedi be míanya lae nye be, le tsitretsitsiŋkeke la dzi ɖe, wo dometɔ kae anye nyɔnu sia srɔ̃a, elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mienya mawunya alo Mawu ƒe ŋusẽ o, elabena ne ame kukuwo fɔ ɖe tsitre la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. Ne mieƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, miɖo ŋku nu si miexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ me tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawue! Miewɔ vodada gã ŋutɔ.” Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye. Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’ Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.” Agbalẽfiala la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o, eye ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ̃ amehavi wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.” Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la, mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la, ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖekee o. Emegbe la, esi Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔ me la, ebia ameawo be, “Nu ka ta miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? Elabena David ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.” ’ Esi David ŋutɔ yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wòaganye via?” Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ, ale wogbugbɔ ke to ɖe Yesu ƒe nufifia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ. Yesu yi edzi gblɔ na ameawo be, “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo. Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.” Yesu bɔbɔ nɔ anyi dze ŋgɔ nudzɔɖaka la. Ame siwo nye kesinɔtɔwo la va da ga home gãwo ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe. Ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔɖaka la me. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ na wo be, “Enye nyateƒe be ahosi dahe sia ƒe nu si wòda ɖe nudzɔɖaka me la xɔ asi wu nu si ame bubuawo katã wona, elabena ame siawo na nu si wozã wosusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/13-13beae656fcdf23d5a59c56d64e7c38c.mp3?version_id=1613,"Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔ la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èkpɔ xɔ gã siawoa? Mele egblɔm na mi be wole wo gbã ge gudugudu, eye kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.” Azɔ eɖanɔ anyi ɖe Amito la dzi afi si dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Wobiae be, “Ɣe ka ɣie nu siawo le dzɔdzɔ ge? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?” Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye Kristo la, eye woakplɔ ame geɖewo atra mɔe. Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o. Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.” Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo. Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo. Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.” Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ ahe nɔvia ade ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ ƒe viwo asi eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo, gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe. “Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. Ame si le eƒe xɔta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke o. Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o. “Baba na nyɔnu siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me kple nyɔnu siwo si vi nonowo le. Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi meganye vuvɔŋɔli me o, elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o. Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme. “Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gã siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ! “Le fukpekpe gã ma megbe la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o. Ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’ “Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe. Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke. “Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgba fɛ̃wo ke, eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumake be dzomeŋɔli ɖo. Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia gogo eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.” Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o. Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. “Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko. Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi si me nu siawo ava eme o. “Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.” Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o. Ale be ne eva kpata la, makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o. Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia ame be, “Minɔ ŋudzɔ!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/14-bd44c8319dfc4b76aecbcca35b9e22dd.mp3?version_id=1613,"Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim. Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.” Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame. Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋuti wògblẽ ami xɔasi sia ɖo? Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu klosaloga alafa etɔ̃ eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnu la vevie. Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋuti miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖe wònye wòwɔ nam. Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o. “Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ. Vavã mele egblɔm na mi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ eye woakafui.” Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu. Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me. Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?” Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta. Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’ Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.” Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi. Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo. Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.” Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge. Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.” Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.” Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu. Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.” Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi. Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo akaka gbẽe.’ Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.” Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!” Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke. Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemanebɔ la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.” Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme. Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.” Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi. Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.” Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa? Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.” Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia. Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o. Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo. Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna!” Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ. Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.” Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ. Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe. Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa nunɔlagã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba. Yesu bia elélawo be, “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.” Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo. Ɖekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la, esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi. Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum. Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o. Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo, gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ. Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be, “Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ” Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo. Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?” Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.” Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua? Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.” Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.” Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ, eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔe na mí. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe. Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum. Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.” Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu. Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.” Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!” Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.” Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/15-59cf08161ff28d27b62648c268d2d764.mp3?version_id=1613,"Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ. Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.” Nunɔlagãwo tso enu be ewɔ nu vɔ̃ geɖewo. Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la nye nyateƒea?” Gake Yesu meke nu o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ. Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitotoŋkeke la dzi lae nye be eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si ŋu amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti. Gamenɔla siawo dometɔ ɖekae nye Barabas, ame si kple ame bubuwo wu amewo le hoowɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me. Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo dometɔ ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔna ɖaa ene. Pilato bia wo be, “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlagãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo. Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be wòaɖe asi le Barabas boŋ ŋu, ke menye Yesu o. Pilato bia wo be, “Esi miebe maɖe asi le Barabas ŋu ɖe, nu ka miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be Yudatɔwo ƒe Fia?” Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!” Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!” Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu. Asrafoawo kplɔ Yesu yi woƒe nɔƒe le fiasã la me, eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa fiasã la ŋu la ƒo ƒu. Wodo awu dzĩ nɛ, eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ. Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wodo gbe nɛ gblɔ be, “Yudatɔwo ƒe fia nenɔ agbe tegbee!” Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ, eye ɖewo bua dze klo be yewole esubɔm. Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaɖaklãe ɖe ati ŋu. Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu, akɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufus fofo. Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata (si gɔmee nye “Ametakoliƒe”). Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o. Woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woda akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ. Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye: Yudatɔwo ƒe Fia. Woklã adzodala eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi. [ Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]” Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!” Nunɔlagãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu xɔ na ame bubuwo, gake mate ŋu xɔ na eya ŋutɔ ɖokui o! “Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui. Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me. Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”). Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.” Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu. Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ, si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkume le gbedoxɔ la me la ma ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke. Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kue la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la, Mawu ƒe Vi wònye vavã!” Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome. Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔlawo, ame siwo subɔnɛ ne eva Galilea la hã dze eyome va Yerusalem. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la. Le ɣetrɔ me lɔƒo la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye. Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o, eyɔ Romasrafowo ƒe amegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la, eye wòbiae be Yesu ku vavã hã? Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi. Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu. Maria Magdalatɔ kple Maria Yose dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/MRK/16-19222d9ff0abe6b8d9614d7554be582d.mp3?version_id=1613,"Le fiẽ me, esi Dzudzɔgbe ŋkeke la wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle ami ʋeʋĩ si wosina na ame kuku be magblẽ kaba o la da ɖi. Le Kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ, le ŋdi kanya la, wofɔ, tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to. Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa na mí?” Gake nukutɔe la, esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdo la nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu. Woge ɖe yɔdo la me eye wokpɔ ɖekakpui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me, nɔ anyi ɖe yɔdo la ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be dzidzi ƒo wo. Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa. Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’ ” Nyɔnuawo si do go le yɔdo la me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o. [ Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le. Eɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu, woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam, henɔ avi fam. Egblɔ na wo be yekpɔ Yesu wòle agbe, gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o. Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia ŋutsu eve siwo nɔ mɔ zɔm yina teƒe aɖe si tso abo, ke womekpɔe dze sii gbã o. Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, wotrɔ yi ɖagblɔe na wo tɔwo gake womexɔe se o. Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o. Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi. Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo. Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo. Woalé dawo kple woƒe asiwo, eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme asẽ.” Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime. Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.]" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/1-8e75bf0c646f7ad354c709ea3320dec6.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo. Srɔ̃ eve nɔ Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo nɔ Penina si ke Hana ya medzi vi o. Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas. Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã. Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku. Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku nɛ va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu. Srɔ̃a Elkana bianɛ be, “Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?” Gbe ɖeka le Silo, esi woɖu nu, no nu vɔ la, Hana yi Agbadɔ la me, nunɔla Eli nɔ anyi ɖe eƒe teƒe le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu. Hana nɔ nu xam vevie, nɔ avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.” Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu. Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu. Ale Eli biae be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na wò.” Hana ɖo eŋu gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume. Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.” Eli gblɔ be, “Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!” Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o. Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi. Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.” Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒe ƒometɔwo katã gawɔ mɔzɔzɔ si wowɔna ƒe sia ƒe heyi ɖe Yehowa ƒe Agbadɔ la me be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe. Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, “Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.” Elkana lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Enyo; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.” Ale Hana nɔ aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono. Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo. Le vɔsa la megbe la, wokplɔ ɖevi la yi Eli gbɔ. Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa. Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/2-d32c149085b2a71189abb84e3e4aa89c.mp3?version_id=1613,"Hana do gbe ɖa be, “Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me; le Yehowa me nye dzo de dzi bobobo. Nye nu ʋu ɖe nye futɔwo ŋu eye medzɔ dzi le wò ɖeɖe la me. “Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o. “Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna. “Woŋe ŋusẽtɔwo ƒe aŋutrɔwo ke ame beliwo la, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi na wo. Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi. “Yehowa wua ame gagbɔa agbe ame; enana woyia yɔ me eye wògafɔa ame tso yɔ me. Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi. Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo. Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o; ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.” Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te. Azɔ Eli viŋutsuwo nye nu tovo wɔlawo, ame siwo mevɔ̃a Yehowa loo alo dea bubu nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo na dukɔ la ŋu o. Ne ame aɖe va sa vɔ la, nunɔla la ƒe dɔla la vana léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi esime vɔsalã la le dzo dzi. Dɔla la tsɔa gaflo la ƒona ɖe gaze, kutu, agba alo nuɖaze si me wole lã la ɖam le la me eye nu sia nu si ke gaflo la tɔ la etsɔnɛ doa goe na nunɔla. Aleae wowɔna le Silo ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si vaa afi ma la ŋuti. Gawu la, hafi woatɔ dzo lãmia la nunɔla la ƒe dɔla vana gblɔna na ame si le vɔ la sam la be, “Tsɔ lã la ƒe ɖe na nunɔlaa be wòame elabena maxɔ lã ɖaɖa le asiwò o negbe mumua ko.” Ne ame si le vɔ la sam gblɔ be, “Àte ŋu atsɔ lã si dze ŋuwò, gake ele be woatɔ dzo lãmi la gbã abe ale si woɖoe da ɖi ene” la, subɔla la gblɔna be, “Ao, ne mèɖe asi le eŋu nam fifi laa o la, matsɔe sesẽtɔe!” Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa. Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu. Dadaa tɔa awu ʋlaya sue aɖe nɛ ƒe sia ƒe ne eya kple srɔ̃a gbɔna vɔsaƒe. Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de. Yehowa ve Hana nu wòdzi viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu eve ɖe Samuel yome. Ale Samuel tsi ɖe edzi le Yehowa ƒe ŋkume. Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me. Egblɔ na viawo be, “Nu ka ta miele nu vɔ̃ɖi sia wɔm? Ame sia ame le nu ƒom le miaƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu nam. Nya siwo sem mele tso mia ŋu la, menya sena kura o. Miele Yehowa ƒe amewo kplɔm de nu vɔ̃ me. Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnui. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ame kae aɖe kuku ɖe enu?” Togbɔ be wo fofo gbe nya na wo alea hã la, womeɖo toe o elabena Yehowa ɖo be yeawu wo. Samuel, ɖevi sue la, nɔ tsitsim ɖe edzi, enye ame sia ame ƒe lɔlɔ̃tɔ eye eƒe nu nyo Yehowa hã ŋu. Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa? Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa? Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami! “Eya ta Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Medo ŋugbe be wò kple fofowò ƒe aƒe asubɔ le ŋkunye me tegbee.’ Ke azɔ la Yehowa be, ‘Esia nete ɖa xaa tso gbɔnye! Ame siwo de bubu ŋutinye la, made bubu wo ŋu, ke ame siwo do vlom la, woaɖu ŋukpe. Ɣeyiɣi la gbɔna esi maɖe wò kple fofowò ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi akpɔtɔ ale be amegãɖeɖi aɖeke manɔ wò ƒomea me o, eye àkpɔ xaxa le nye nɔƒe la me. Togbɔ be woawɔ nyui na Israel hã la, ke wò ƒome me ya la, amegãɖeɖi manɔ anyi akpɔ gbeɖe o. Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me. “ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi. Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa. Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/3-18f8968de75bea53affaccf670c73edf.mp3?version_id=1613,"Samuel, ɖevi sue la, nɔ Yehowa subɔm to kpekpe ɖe Eli ŋu me. Le ɣe ma ɣi me la, ƒãa hafi Yehowa naƒo nu na amegbetɔ eye ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o. Fifia, Eli zu amegãɖeɖi eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu tututu o. Emlɔ eƒe xɔ me le zã me gbe ɖeka eye Samuel hã mlɔ gbedoxɔ la me le afi si nubablaɖaka la nɔ. Ke esi wòsusɔ vie woatsi xɔmekaɖiwo la, Yehowa yɔe be, “Samuel! Samuel!” Samuel tɔ be, “Papaa!” Efɔ eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be, “Nyee nye esi, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ nɛ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòtrɔ yi ɖamlɔ anyi. Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.” Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o. Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia. Samuel gaƒu du yi Eli gbɔ eye wògagblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Azɔ Eli dze sii be Yehowae nɔ nu ƒom na ɖevia eya ta wògblɔ na Samuel be, “Gayi ɖamlɔ anyi; ne egayɔ wò la, nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.’ ” Samuel gayi ɖamlɔ anyi. Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.” Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel. Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli. Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o. Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.” Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli. Ke Eli yɔe be, “Vinye Samuel.” Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye esi.” Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!” Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.” Esi Samuel nɔ tsitsim la, Yehowa nɔ kplii eye wòna be nya sia nya si Samuel gblɔ la vaa eme. Eya ta Israel blibo la, tso Dan yi Beerseba nya be Yehowa ɖo Samuel nyagblɔɖilae. Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/4-2a15eb0a9f537edbf1f857f3c737fbcb.mp3?version_id=1613,"Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Le ɣeyiɣi ma me la, aʋa dzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. Israel ƒu asaɖa anyi ɖe Ebenezer gbɔ eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ nɔ Afek. Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene. Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.” Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi. Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe! Filistitɔwo bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la, dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, “Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na mí elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o! Ame kae ate ŋu aɖe mí tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple dɔ vɔ̃wo esime Israel nɔ gbedzi. Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene.” Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me. Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe. Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me. Eli nɔ lalam le mɔto be yease nya aɖe tso aʋa la ŋu elabena etsi dzimaɖeɖi ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ƒe dedinɔnɔ ŋu. Esime ame dɔdɔ la tso aʋagbedzi va gblɔ nya si dzɔ la, ameawo fa avi hoo le du blibo la me. Eli bia be, “Nu kae na amewo le avi fam hoo alea?” Ame dɔdɔ la te ɖe Eli ŋu enumake eye wòka nya la ta nɛ. Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o. Ame dɔdɔ la gblɔ na Eli be, “Mede aʋagbe la dzi egbe, fifi laa koe mesi trɔ gbɔ.” Eli biae be, “Nu kae dzɔ, Vinye ɖe?” Ame dɔdɔ la ɖo eŋu be, “Woɖu Israelviwo dzi eye wowu Israelvi geɖewo, wowu viwò eveawo, Hofni kple Finehas hã eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la hã.” Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku. Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake. Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, nyɔnu siwo nɔ egbɔ la gblɔ nɛ be edzi viŋutsuvi, ke womegblɔ nya boo aɖeke o. Ena ŋkɔ ŋutsuvi la be, “Ikabod” si gɔmee nye “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso.” Elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye srɔ̃a kple toa siaa ku. Egblɔ be, “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/5-80517e2f8be7141622f58345934dd4f5.mp3?version_id=1613,"Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo. Le esia ta, va se ɖe egbe la, Dagon nunɔlawo kple esubɔlawo megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod o. Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo. Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.” Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa. Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe. Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.” Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me. Ame siwo meku haɖe o la nɔ dɔ lém kutɔkutɔe, ale du la ƒe avifafa de dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/6-34cdfa725a2e90fe47f5b08f495fe1f6.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre. Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?” Woɖo eŋu be, “Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?” Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi. Miwɔ nuƒoƒoeawo kple afi siwo le miaƒe anyigba gblẽm la ƒe nɔnɔmewo eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ɖewohĩ aɖe eƒe dɔmedzoe si wòda ɖe miawo ŋutɔ kple miaƒe mawuawo kple miaƒe anyigba dzi la ɖa. Nu ka ŋuti miesẽ miaƒe dzi me abe ale si Egiptetɔwo kple Farao wɔ ene? Esi wòwɔ fu wo la ɖe womeɖo Israelviwo ɖa be woadzo oa? “Miwɔ tasiaɖam yeye eye miatsii ɖe nyinɔ eve siwo dzi vi le ŋkeke siawo me eye wometsi keke ɖe wo ŋu kpɔ haɖe o la ŋuti. Milé wo viwo de kpo me. Mitsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye midae ɖe tasiaɖam la dzi, mitsɔ aɖaka si me avulénu siwo wowɔ kple sika, siwo ɖom miele ɖa abe avulénu ene la da ɖe exa. Miɖoe ɖe mɔ dzi, gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.” Ale wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wotsi nyinɔ eve ɖe tasiaɖam la ŋu eye wotu wo viwo ɖe kpo me. Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la da ɖe tasiaɖam la dzi. Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi. Bet Semestɔwo nɔ lu xam le balime le ɣe ma ɣi eye esi wofɔ mo dzi kpɔ nubablaɖaka la, wogli kple dzidzɔ! Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe gã aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa. Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe. Esi Filistitɔwo lé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi ŋu sẽe la, wotrɔ yi Ekron gbe ma gbe ke. Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo Filistitɔwo ɖo ɖa abe fɔɖivɔsanu ene la nye nunana tso Asdod, Gaza, Askelon, Gat kple Ekron ƒe amegãwo gbɔ. Woɖo sikafiawo ɖa abe avulévɔsanu ene na Yehowa ɖe Filistitɔwo ƒe du bubuwo ta, ɖe du gã siwo woglã kple kɔƒe siwo nɔ amegã atɔ̃awo ƒe dzikpɔkpɔ te la siaa nu. Agakpe gã si dzi woda nubablaɖaka la ɖo le Bet Semes la gale Yosua ƒe agble la me va se ɖe egbe. Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta. Ameawo bia be, “Ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia, ƒe ŋkume? Afi ka miatsɔ nubablaɖaka la ayi?” Ale woɖo du ɖe Kiriat Yearimtɔwo kple kukuɖeɖe be, “Filistitɔwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la vɛ eya ta miva ne miakɔe yi mia gbɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/7-ca5a31a12e68ff5bb3f329bbd76355e7.mp3?version_id=1613,"Ale Kiriat Yearimtɔwo va tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe aƒe si le to dzi la me. Wokɔ via, Eleazar, ŋuti be wòakpɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi. Nubablaɖaka la nɔ Kiriat Yearim ƒe blaeve. Israelviwo xa nu to ƒe siawo me elabena edze na wo abe ɖe Yehowa gblẽ wo ɖi ene. Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la be, “Ne mieɖo ta me kplikpaa be yewoatrɔ ayi Yehowa gbɔ la, ekema miɖe asi le miaƒe dzromawuwo kple Astarɔtwo ŋu. Miɖo ta me kplikpaa azɔ be miaɖo to Yehowa ɖeɖe ko ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.” Ale woɖe asi le Baal kple Astarɔtwo ŋuti eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Samuel gblɔ na wo be, “Mi katã miva Mizpa eye mado gbe ɖa na Yehowa ɖe mia ta.” Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa. Esi Filistitɔwo ƒe amegãwo se nya tso takpekpe gã si wowɔ le Mizpa ŋu la, woƒo woƒe aʋawɔlawo nu ƒu eye wolũ ɖe Israelviwo dzi. Vɔvɔ̃ ɖo Israelviwo ŋutɔ esi wose be Filistitɔwo gogo yewo. Wogblɔ na Samuel be, “Mègadzudzɔ kokoƒoƒo na Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía ta o, ale be wòaɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me.” Ale Samuel tsɔ alẽvi aɖe sa numevɔ na Yehowa eye wòɖe kuku nɛ be wòave Israel nu. Edo ɣli na Yehowa ɖe Israel nu eye Yehowa se eƒe gbedodoɖa. Esi Samuel nɔ numevɔ sam ko la, Filistitɔwo ƒo ɖe Israelviwo dzi bibibi hena aʋawɔwɔ. Ke Yehowa ɖe gbe kple dziɖegbe ƒe gbe ɖe Filistitɔwo dzi, ŋɔdzi lé wo eye wotɔtɔ. Israelviwo dze wo dzi, fiti wo. Israel ŋutsuwo do go tso Mizpa heti Filistitɔwo yome kple du eye wonɔ wo wum le mɔ dzi va se ɖe Bet Kar ƒe anyigbe ke. Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!” Ale wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi eye womegaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o elabena Yehowa tsi tsitre ɖe wo ŋu le Samuel ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. Israelviwo gbugbɔ woƒe du siwo nɔ Ekron kple Gat dome eye wonɔ Filistitɔwo si me la xɔ. Israel ɖe nuto siwo ƒo xlã wo la hã tso Filistitɔwo ƒe asi me. Ale ŋutifafa nɔ Israel kple Amoritɔwo dome. Samuel yi eƒe dɔ dzi abe Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Etsana ƒe sia ƒe drɔ̃a ʋɔnu gbã le Betel, emegbe le Gilgal eye le eya yome la, le Mizpa. Ale wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã. Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/8-1e6108940ed76ff42f9982c432c881a5.mp3?version_id=1613,"Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo ʋɔnudrɔ̃lawoe na Israel Via ŋutsu gbãtɔ ŋkɔe nye Yoel eye evelia ŋkɔe nye Abiya ame siwo drɔ̃ ʋɔnu le Beerseba. Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ. Ale Israel ƒe kplɔlawo katã kpe ta heva Samuel gbɔ le Rama Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.” Ke esi wogblɔ be, “Tia fia na mí be wòakplɔ mí” la, esia medze Samuel ŋu o; eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa. Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene. Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò. Azɔ la, ɖo to wo, gake xlɔ̃ nu wo vevie eye nàna woanya nu si fia si ava ɖu wo dzi la awɔ.” Ale Samuel gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ la na ame siwo le ebiam be wòana fia yewo. Egblɔ na wo be, “Esia nye nu si fia si aɖu mia dzi la awɔ; atsɔ mia viŋutsuwo be woanye yeƒe tasiaɖamkulawo kple sɔdolawo eye wòana woasi du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ. Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu eye wo dometɔ aɖewo anɔ ame blaatɔ̃ aɖewo nu. Ɖewo aŋlɔ eƒe agblewo, axa nukuwo nɛ, nenema ke ɖewo hã anye eƒe aʋawɔnuwo wɔlawo kple tasiaɖamŋutinuwo wɔlawo. Axɔ mía vinyɔnuwo be woanye yeƒe amiʋeʋẽwɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawo. Axɔ miaƒe agbledenyigba nyuitɔwo, waingblewo kple amitive nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo. Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe wain tsetsewo ƒe ewolia eye wòatsɔ wo ana eƒe dɔnunɔlawo kple eƒe subɔlawo. Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo, dɔlanyɔnuwo kple nyi damiwo le miaƒe nyiha me kple miaƒe tedziwo na eya ŋutɔ ɖokui. Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo. Ne ŋkeke ma va ɖo la, miafa avi be woana gbɔdzɔe mi tso fia si mietia la si me eye Yehowa matɔ na mi le ŋkeke ma dzi o.” Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi. Ekema míanɔ abe dukɔ bubuawo katã ene eye fia anɔ mía si, ame si akplɔ mí eye wòado anɔ ŋgɔ na mí, awɔ aʋawo na mí.” Esi Samuel se nya siawo katã si ameawo gblɔ la, egbugbɔ wo gblɔ na Yehowa. Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.” Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/9-f7165264e769cffbe21b0a6a9f11a641.mp3?version_id=1613,"Kis nye kesinɔtɔ kple bubume aɖe tso Benyamin ƒe to la me. Fofoae nye Abiel, ame si nye Zeror vi, ame si nye Bekorat vi, ame si hã nye Afia vi. Saul nye Kis ƒe viŋutsu eye wònye ɖekakpui dzeɖekɛtɔ le Israel. Ekɔ wu ame sia ame le anyigba la dzi ale be ame kɔkɔtɔ siwo kplɔe ɖo la se abɔta ko nɛ. Gbe ɖeka Kis ƒe tedziwo bu eya ta wòɖo Saul kple subɔla aɖe ɖa be woayi aɖadi wo vɛ. Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o. Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!” Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.” Saul ɖo eŋu be, “Naneke mele mía si míatsɔ axe fe nɛ o, nuɖuɖu gɔ̃ hã vɔ le mía si eye naneke kura meli míatsɔ nɛ o.” Subɔla la gblɔ be, “Klosaloga si ƒe kpekpeme nye gram etɔ̃ la le asinye. Míatsɔe na Mawu ƒe ame la, ale be wòagblɔ mɔ si míato la na mí.” Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla. Esi wonɔ togbɛ aɖe liam ɖo ta dua me la, wodo go ɖetugbi aɖewo woyina tsi du ge. Wobia ɖetugbiawo be wonya ne nyagblɔɖila la le dua me hã. Le ŋkeke mawo me la, woyɔa nyagblɔɖilawo be nukpɔlawo eya ta amewo gblɔna, be “Mina míayi aɖabia nukpɔla la” eye menye “Mina míayi aɖabia nyagblɔɖila la” abe ale si míegblɔna egbe ene o. Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea. Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.” Ale woyi dua me eye esi woɖo agboa nu tututu ko la, wokpɔ Samuel, wòyina ɖe toa dzi. Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be, “Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.” Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.” Saul te ɖe Samuel ŋu eye wòbiae be, “Meɖe kuku, nukpɔla ƒe aƒe me ɖe?” Enumake Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye nukpɔla la! Dze ŋgɔ nàyi toa dzi eye míaɖu nu ɖekae le afi ma. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu si nèdi be yeanya la na wò eye mado mɔ wò. Mègatsi dzi le tedzi siwo bu ŋkeke etɔ̃e nye esi la ŋu kura o elabena wokpɔ wo xoxo. Ke Israel ƒe kesinɔnuwo katã zu tɔwò azɔ!” Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!” Samuel kple Saul kple subɔla la yi xɔ gã la me eye wòna nɔƒe wo ɖe kplɔ̃ ta. Wode bubu wo ŋu wu ame blaetɔ̃ bubu siwo wokpe. Samuel gblɔ na nuɖuɖudzikpɔla la be, “Tsɔ lãkɔ damitɔ si mede asi na wò be nadzra ɖo nam la vɛ nam.” Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel. Esi wotrɔ va dua me le nuɖuɖua megbe la, Samuel kplɔ Saul yi eƒe xɔta ƒe gbadzaƒe eye woɖo dze le afi ma. Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, Samuel yɔ Saul le xɔta eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na mɔzɔzɔ.” Esi Saul dzra ɖo vɔ la, eya kple Samuel dze mɔ. Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, “Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ” eye subɔla la wɔ nenema. “Gake wò la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na wò.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/10-f938d1d2ebed310bc1ec985237c16bbf.mp3?version_id=1613,"Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa? Ne èdzo le gbɔnye egbea la, àkpɔ ŋutsu eve aɖewo le Rahel ƒe yɔdo gbɔ le Zelza le Benyamin ƒe to la ƒe liƒo dzi. Woagblɔ na wò be, ‘Wofɔ tedzi siwo nèle didim. Fofowò megatsi dzi ɖe tedziawo ŋuti o ke boŋ etsi dzi ɖe ŋutiwò. Ele biabiam be, “Nu ka mawɔ tso vinye ŋuti?” ’ “Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si. Woado gbe na wò eye woana abolo eve wò. Xɔ aboloawo. “Le esia megbe la, àva ɖo Mawu ƒe Gibea, afi si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le. Ne èɖo ta dua me la, àdo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha siwo ɖiɖi tso kɔkɔƒe la gbɔna eye kasaŋkuwo, asiʋuiwo, kpẽwo kple gakasaŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye wole nya gblɔm ɖi. Yehowa ƒe gbɔgbɔ adze dziwò kple ŋusẽ, àgblɔ nya ɖi kpli wo, eye woatrɔ wò nàzu ame bubu sãa. Zi ale si dzesi siawo va eme la, wɔ nu sia nu si tsɔ asi gbɔ na wò elabena Mawu li kpli wò. Dze ŋgɔ nam nàyi Gilgal. Mava gbɔwò le afi ma ava sa numevɔ kple akpedavɔ. Gake ele be nàlalam ŋkeke adre va se ɖe esime mava be magblɔ nu si nàwɔ la na wò.” Esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ la, Mawu trɔ Saul ƒe dzi eye dzesi siawo katã va eme gbe ma gbe. Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo. Esi ame siwo nya Saul tsã kpɔe wònɔ nya gblɔm ɖi kple nyagblɔɖilawo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kae nye esi dzɔ ɖe Kis ƒe vi la dzĩ? Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?” Ŋutsu aɖe si nɔ ameawo dome la ɖo eŋu be, “Eye ame kae nye wo fofo?” Ale nya sia zu lodonya be, “Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?” Esi Saul wu nyagblɔɖi la nu la, eyi ɖe to la dzi. Azɔ la, Saul fofoa nɔvi ɖeka bia eya kple dɔla la be “Afi ka tututu mietso?” Saul ɖo eŋu be, “Míetso tedziawo di ge; míete ŋu kpɔ wo o, eya ta míeyi Nyagblɔɖila Samuel gbɔ be míabia afi si wole.” Gblɔ nu si Samuel gblɔ na wò la nam. Saul ɖo eŋu be, “Eka ɖe edzi nam be, wokpɔ tedziawo.” Gake megblɔ nu si Samuel gblɔ tso fiaɖuɖu la ŋuti ya na fofoa nɔvia o. Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa, eye wògblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi eye meɖe mi tso Egiptetɔwo kple dukɔ siwo katã nɔ fu wɔm mi la ƒe ŋusẽ me. Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.” Ale Samuel ƒo ƒu Israel ƒe toawo ƒe kplɔlawo ɖe Yehowa ŋkume eye wotia Benyamin ƒe to la. Samuel yɔ Benyamin ƒe to la ƒe ƒomewo va Yehowa ŋkume eye nudzidze la dze Matri ƒe ƒome la dzi. Mlɔeba la, nudzidze la dze Saul, Kis ƒe vi la dzi. Ke esi wotsa ŋku la, wokpɔ be Saul bu le ameawo dome. Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.” Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta. Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!” Le esia megbe la, Samuel tɔ asi nu siwo anye fia la ƒe gome kple eƒe dɔdeasiwo la dzi na ameha la. Eŋlɔ nu siawo ɖe lãgbalẽ dzi eye wòtsɔe ɖo Yehowa ŋkume. Samuel ɖe asi le dukɔ la ŋu eye ame sia ame yi eƒe du me. Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii. Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/11-d19d15bb49167999a24436f81914cf6c.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.” Nahas ɖo eŋu be, “Ekema mawɔ nu ɖeka; maho mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku abe gbɔ̃ɖiɖi Israel dukɔ blibo la ene!” Yabes ƒe ametsitsiwo ɖo eŋu be, “Na ŋkeke adre mí ne míadɔ ame aɖo ɖe Israelnyigba blibo la dzi. Ne mía nɔviwo mava kpe ɖe mía ŋu o la, ekama míalɔ̃ ɖe wò tameɖoɖo la dzi.” Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me. Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?” Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ. Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie. Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ. Saul xlẽ wo le Bezek eye Israelviwo le ame akpe alafa etɔ̃ kpe ɖe ame akpe blaetɔ̃ siwo tso Yuda la ŋu. Saul ɖo du ɖe Yabes Gileadtɔwo be, “Míaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me hafi etsɔ ɣetrɔ naɖo!” Dua me tɔwo tso aseye esi wose nya sia. Ale Yabestɔwo gblɔ na woƒe futɔwo be, “Míava mia gbɔ etsɔ eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la mí.” Saul va do ŋdi kanya kple eƒe aʋakɔ si wòma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Edze Amonitɔwo dzi kpata eye wòwu wo tso ŋdi ma va se ɖe ŋdɔ. Ame siwo tsi agbe la kaka ale gbegbe be wo dometɔ eve aɖeke menɔ teƒe ɖeka o. Ameawo bia Samuel kple ɣli be, “Afi ka ame siwo be Saul manyo na mí o la le? Mikplɔ wo va afi sia ne míawu wo!” Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!” Samuel gblɔ na ameawo be, “Mina mí katã míayi Gilgal eye míada asi ɖe Saul dzi abe míaƒe fia ene.” Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/12-ee69285813c5d269fa54afea05909049.mp3?version_id=1613,"Samuel gaƒo nu na Israelviwo be, “Kpɔ ɖa, mewɔ nu si miebia la na mi. Meɖo fia na mi. Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke. Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.” Ameawo ɖo eŋu be, “Mèba mí alo te mí ɖe anyi kpɔ le mɔ aɖeke nu o eye mèxɔ zãnu zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã kpɔ o.” Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.” Ameawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee.” Samuel yi edzi be, “Yehowa tia Mose kple Aron, eyae kplɔ mía tɔgbuiwo dzoe le Egipte. Azɔ la, mitsi tsitre ɖe afi sia kpoo le Yehowa ŋkume ne maɖo ŋku nu nyui siwo katã wòwɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la dzi na mi. “Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi. “Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be kaba eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Sisera, Fia Hazor ƒe aʋafia kple Filistitɔwo ƒe fia kple Moab fia. Wogado ɣli ɖe kuku na Yehowa eye woʋu eme be yewowɔ nu vɔ̃ esi yewotrɔ le Yehowa yome hesubɔ Baal kple Astarɔtwo. Woɖe kuku be, ‘Míasubɔ wò, míaƒe Mawu, ɖeɖe ko ne àɖe mí tso míaƒe futɔwo si me ko’ Yehowa ɖo Yerubaal, Barak, Yefta kple Samuel ɖa eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asime eye mienɔ anyi le ŋutifafa me. “Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi. Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi. Azɔ, ne miavɔ̃ eye miasubɔ Yehowa, ahawɔ eƒe sewo dzi, miagadze aglã ɖe eŋu o eye ne miawo kple miaƒe fia la siaa miadze Yehowa, mia Mawu, yome la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. Ke ne miatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu eye miagbe toɖoɖoe la, ekema eƒe asi asẽ ɖe mia dzi abe ale si wòsẽ ɖe mia tɔgbuiwo dzi ene. “Azɔ minɔ klalo miakpɔ Yehowa ƒe nukunuwɔwɔ ɖa. Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!” Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ. Woɖe kuku na Samuel be, “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu ɖe mía ta ne míagaku o elabena míetsɔ nu vɔ̃ si míewɔ to biabia be woaɖo fia na mí me la kpe ɖe míaƒe nu vɔ̃ bubuwo ŋuti.” Samuel de dzi ƒo na wo be, “Migavɔ̃ o, eme kɔ ƒãa be miewɔ nu vɔ̃, gake mikpɔ egbɔ azɔ be miasubɔ Yehowa nyateƒetɔe eye miagatrɔ le eyome le mɔ aɖeke nu o. Mawu bubuawo mate ŋu akpe ɖe mia ŋu o. Yehowa magblẽ eƒe ame tiatiawo ɖi o elabena ne ewɔ nenema la, aklo bubu le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ gã la ŋu. Ewɔ mi mienye dukɔ tɔxɛ nɛ le ale si wòdi be yeawɔ mi nenema ko la ta! Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi. Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu. Ke ne mieyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la, woatsrɔ̃ mi kple miaƒe fia la siaa.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/13-fad770c2d9b8732b7ca8079c78db532e.mp3?version_id=1613,"Saul xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve, ɖe Israel dzi; etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me. Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.” Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal. Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome. Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me. Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta. Elala ŋkeke adre abe ale si Samuel ɖoe nɛ ene, gake Samuel meva Gilgal o eye Saul ƒe asrafowo de asi kaka le eŋu me. Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la. Esi wòwu vɔsawo nu vɔ tetee ko la, Samuel va do. Saul yi be yeakpee ado gbe nɛ. Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas. Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.” Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã. Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.” Tete Samuel dzo le Gilgal yi Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi. Esi Saul xlẽ eƒe aʋawɔlawo la, ekpɔ be ame alafa ade koe susɔ! Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas. Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi; aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi. Gbede aɖeke menɔ Israelnyigba blibo la dzi le ŋkeke mawo me o elabena Filistitɔwo gblɔ bena, ne menye nenema o la, Hebritɔwo ava tu yiwo alo akplɔwo! Eya ta ɣe sia ɣi si Israelviwo di be yewoanyre yewoƒe agbleŋlɔnuwo, fiawo kple nuxanuwo la, wotsɔa wo yia Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ. Nenye be wonyre agbleŋlɔnuawo la, woxea klosaloga gram enyi, nenema kee nye fi hã, ke woxea klosaloga gram ene ɖe gaflu kple fiawo hekpe ɖe nuŋɔnuwo nyenyre ŋuti. Ale yi alo akplɔ aɖeke menɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la si gbe ma gbe o negbe ɖekaɖeka siwo nɔ Saul kple Yonatan si ko. Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/14-c7347ce7bd43d073302dd8af560878f8.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Fiavi Yonatan gblɔ na ɖekakpui si nye eƒe adekplɔvi la be, “Na míato balime la ayi Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ.” Ke megblɔe na fofoa be yeyina o. Saul kple eƒe aʋawɔla alafa adeawo (600) ƒo ƒu ɖe yevuboɖati la gbɔ le Migron. Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o. Hafi Yonatan naɖo Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ele nɛ be wòato mɔ xaxɛ aɖe si to agakpe eve dome la dzi. Woyɔa agakpe ɖeka be Bozez eye woyɔa evelia be Sene. Agakpe anyiehetɔ nɔ Mikmas ŋgɔ eye dziehetɔ nɔ Geba ŋgɔ. Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!” Adekplɔvi la gblɔ be, “Yoo, wɔ nu si nyo na wò; mele yowòme sesĩe.” Yonatan gblɔ nɛ be, “Enyo, nu si míawɔ enye ne futɔwo kpɔ mí eye wogblɔ be, ‘Mitɔ ɖe afi ma ne menye nenema o la, míawu mi’ la, ekema míatɔ alala wo. Ke ne wogblɔ be, ‘Milia toa miava wɔ aʋa kpli mí’ la, ekema míawɔ nenema tutututu elabena eyae anye dzesi be Yehowa tsɔ wo de asi na mí.” Esi Filistitɔwo kpɔ wo wogbɔna la, wodo ɣli be, “Mikpɔ ɖa, Israelviwo le dodom le woƒe dowo me!” Wodo ɣli na Yonatan be, “Lia toa nàva kpɔ nane ɖa.” Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Lia toa eye nànɔ yonyeme tututu elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi!” Ale wota le asi kple klo dzi yi wo gbɔ, kasia Filistitɔwo de asi sisi me esi Yonatan kple eƒe adekplɔvi la de asi wo wuwu me. Wowu wo dometɔ blaeve eye ame kukuawo kaka ɖe teƒe si de agbleka afã. Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ. Saul ƒe gbetakpɔlawo le Benyamin ƒe Gibea kpɔ nu wɔnuku aɖe: wokpɔ Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ sisim tso afii yi afi mɛ. Saul gblɔ na eƒe amewo be, “Mikpɔe ɖa be ame kae mele afi sia o.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi menɔ wo dome o. Saul do ɣli gblɔ na Ahiya be, “Mitsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ!” nubablaɖaka la nɔ Israelviwo dome ɣe ma ɣi. Ke esi Saul nɔ nu ƒom na nunɔlaa la, Filistitɔwo ƒe ɣlidodo kple ʋunyaʋunyawɔwɔ le woƒe asaɖa me nɔ dzi dem ɖe edzi. Saul gblɔ be, “Netsɔ! Nya kae Yehowa gblɔ?” Saul kple eƒe ame alafa adeawo zɔ ɖe Filistitɔwo dzi. Wokpɔ be wonɔ wo nɔewo wum ko nyamanyama. Hebritɔ siwo nɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ me tsã la, dze aglã eye wodzo va de Israelvi siwo le Saul kple Yonatan ŋu la dzi. Mlɔeba la, esi Israelvi siwo ɣla wo ɖokuiwo ɖe Efraim toawo dzi la kpɔ be Filistitɔwo nɔ sisim la, woawo hã va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu wonya Filistitɔwo ɖe du nu. Ale Yehowa ɖe Israel gbe ma gbe eye wowɔ aʋa la dze le Bet Aven ŋu. Ale Israelviwo ɖo xaxa gã aɖe me gbe ma gbe elabena Saul bla ameawo kple atam be, “Fiƒode ava ame si aɖu nu hafi fiẽ naɖo la dzi eye ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu o, va se ɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo!” Ale ame aɖeke meɖu nu la aʋakɔ me gbe ma gbe o. Aʋakɔ blibo la ge ɖe ave la me eye wokpɔ anyitsi le anyigba. Esi wole avea me la, wokpɔ anyitsi wole dzidzim gake ame aɖeke mede asi eme ɖuɖɔ o, elabena wovɔ̃ Saul ƒe atam si wòka la. Ke Yonatan ya mese se si fofoa de o eya ta wòtsɔ eƒe atikplɔ tɔ anyitsia me heno eye ŋusẽ gaɖo eŋu. Ke ame aɖe gblɔ nɛ be fofoa, Saul, ƒo fi de ame sia ame si aɖu nane gbe ma gbe la, evɔ dɔwuame na ame sia ame gbɔdzɔ hafi. Yonatan gblɔ be, “Se sesẽ kae nye esi fofonye de na ameawo? Se sia agblẽ nu le mía ŋu boŋ. Mikpɔ ale si ŋusẽ ɖo menye esi meno anyitsi sue sia ɖa! Nenye ɖe woɖe mɔ be ameawo naɖu nu si wokpɔ le futɔwo dome la, anye ne míagate ŋu awu futɔ gbogbo aɖewo wu esia gɔ̃ hã.” Ke wotsɔ dɔwuame nya Filistitɔwo eye wowu wo tso Mikmas yi Aiyalon ke, le esime woƒe ɖeɖiteameŋu nu ganɔ sesẽm ɖe edzi. Gbe ma gbe fiẽ la, wowu alẽ, nyi kple nyivi siwo woha le aʋa la me eye woɖu woƒe lã kple ʋua katã nenema. Ame aɖe gblɔ nya si dzɔ la na Saul be ameawo nɔ nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu to nuɖuɖu me. Saul gblɔ be, “Nu sia mesɔ kura o! Mimli kpe gã aɖe vɛ nam eye miagblɔ na ameawo be woahe nyiawo kple alẽwo ava wu le afi sia eye woatsyɔ ʋu le wo me ale be womawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu to ʋuɖuɖu me o.” Ale ame ɖe sia ɖe kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me eye wowu wo le afi ma. Saul ɖi eƒe vɔsamlekpui gbãtɔ na Yehowa. Le esia megbe la, Saul gblɔ be, “Mina míanya Filistitɔwo to zã blibo la me eye míawu ame siwo susɔ la dometɔ ɖe sia ɖe.” Ameawo lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; wɔ nu sia nu si dze ŋuwò.” Ke nunɔla la gblɔ be, “Mina míabia Mawu gbã.” Ale Saul bia Mawu be, “Ɖe míayi Filistitɔwo nyanya dzia? Ɖe nàkpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzia?” Ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu le zã blibo la me o. Ale Saul gblɔ na kplɔlawo be, “Ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu, ele be míadze si nu vɔ̃ si míewɔ egbe. Mele atam kam na Mawu ame si ɖe Israel dukɔ la be, nenye nye ŋutɔ vinye, Yonatan kurae wɔ nu vɔ̃ sia hã la aku kokoko.” Ke womekpɔ ame si wɔ nu vɔ̃ la o. Tete Saul gblɔ na Israelviwo katã be, “Mitsi tsitre ɖe afi ma ke nye kple vinye Yonatan míatsi tsitre ɖe afii.” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu sia nu si ke nyo na wo.” Ale Saul do gbe ɖa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la be. “Nu ka ŋuti mètɔ na wò dɔla egbea o? Ne vodada la le menye alo vinye, Yonatan me la, ekema ɖo eŋu na mí to Urim dzi, gake nenye Israelviwo mee agɔdzedze la le la, tɔ na mí to Tumim dzi.” Ale wodzidze nu ɖe Yonatan kple Saul dzi eye wòdze wo dzi ale womebu fɔ ameawo o. Azɔ Saul gblɔ be, “Midzidze nu ɖe nye kple Yonatan dzi.” Esi woagadzidze nua la, edze Yonatan dzi. Saul gblɔ na Yonatan be, “Vinye, nu kae nèwɔ?” Yonatan gblɔ be, “Meɖɔ anyitsi sue aɖe kpɔ, sue aɖe si nɔ nye atikplɔ ŋu koe meɖuɖɔ, ke azɔ la medze na ku.” Saul gblɔ be, “Ɛ̃, Yonatan, ele be nàku, Mawu neƒom ƒu anyi maku ne womewu wò ɖe nu sia ta o.” Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan. Saul na aʋawɔlawo gbugbɔ eye Filistitɔwo trɔ yi aƒe. Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie. Ewɔ aʋa kalẽtɔe, ɖu Amalekitɔwo dzi eye wòɖe Israel tso ame siwo katã ha wo la si me. Viŋutsu etɔ̃, Yonatan, Isvi kple Malki Sua kple vinyɔnu eve, Merab kple Mixal nɔ Saul si. Saul srɔ̃e nye Ahinoam, Ahimaaz vinyɔnu. Eƒe aʋafiae nye Abner, etɔɖia Ner viŋutsu Saul fofo, Kis kple Abner fofo, Ner wonye Abiel viŋutsuwo. Israel wɔ aʋa kple Filistitɔwo edziedzi le Saul ƒe agbenɔɣi. Ne Saul kpɔ ɖekakpui sesẽ kalẽtɔ aɖe ko la, ehenɛ dea eƒe aʋakɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/15-4a7165d237bb833ab6e64a6417a3cd24.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe. Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta. Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ” Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu. Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome. Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã. Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃. Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be, “Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me. Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.” Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!” Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?” Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.” Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?” Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi. Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’ Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?” Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã. Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.” Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami. Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene eye ɖokuiŋudzedze sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye. Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò; mèganye fia o.” Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia. Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.” Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!” Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã! Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò. Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!” Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.” Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa. Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.” Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!” Ke Samuel gblɔ nɛ be, “Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal. Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea. Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/16-05785197f8916e938b4431a4b499854f.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.” Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’ Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.” Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?” Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae. Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.” Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.” Yese gblɔ na via Abinadab be wòado ɖe ŋgɔ eye wòazɔ le Samuel ŋkume. Ke Samuel gablɔ be “Yehowa metia ame sia hã o.” Emegbe Yese yɔ Sama, ke Samuel gblɔ be, “Esia hã Yehowa metiae o.” Yese na Via ŋutsuvi adreawo to Samuel ŋkume yi gake Samuel gblɔ be; “Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o.” Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?” Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.” Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.” Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.” Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama. Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ. Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò. Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.” Saul lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo, midi kasaŋkuƒola nyui aɖe miakplɔ vɛ nam.” Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii. Saul ɖo dɔlawo ɖe Yese hebiae be wòaɖo via David, ame si nye alẽkplɔla la ɖe ye. Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu. Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi. Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.” Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/17-bc439588218aa6279689f41240fbb7a0.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome. Saul kple Israelviwo hã ƒo ƒu, woƒu asaɖa anyi ɖe Ela balime eye wodze aʋalɔgowo ɖe Filistitɔwo ŋu. Ale Filistitɔwo kple Israelviwo nɔ to eve dzi dze ŋgɔ wo nɔewo eye balime la tso wo dome. Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃. Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre. Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta. Eƒe akplɔti le abe abaladoti ene eye wowɔ akplɔ si le enu la kple gayibɔ si ƒe kpekpeme anye kilogram adre. Eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ eŋgɔ. Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim eye wòwum la, míanye miaƒe subɔlawo, gake ne meɖu edzi eye mewui la, ekema miawo hã miazu míaƒe subɔlawo.” Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.” Esi Saul kple Israel blibo la se nya siwo Filistitɔ la gblɔ la, dzi ɖe le wo ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe. Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama. David nye viŋutsuvi suetɔ. Esime nɔvia tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ Saul ƒe aʋakɔ la me la, David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi. Goliat, Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu la tsia tsitre ɖe Israelʋakɔ la ŋkume geditɔe ŋdi kple fiẽ ŋkeke blaene sɔŋ. Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me. Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam. Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.” David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo. Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo. David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo. Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see. Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me. Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.” David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?” Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.” Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.” David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?” David zɔ yi ame bubu gbɔ, bia nya ma kee eye wòna ŋuɖoɖo ma kee abe tsãtɔ ene. Wose nya si David gblɔ eye woyi ɖagblɔe na Saul. Tete Saul dɔ ame ɖa woɖayɔe va egbɔe. David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.” Saul ɖo eŋu nɛ be, “Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke.” Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la, metia eyome ƒonɛ ƒua anyi heɖea alẽ la le eƒe nu me. Ke ne etrɔ ɖe ŋutinye la, meléa eƒe kɔdza ƒonɛ kple kpo hewunɛ. Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu. Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!” Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe aʋawɔwu si ŋu akpoxɔnuwo le la do nɛ eye wòtsɔ kuku si wowɔ kple akɔbli la ɖɔ ɖe ta nɛ. David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ. Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi. Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ. Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe. Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David. Eyi edzi gblɔ be. “Te va afi sia eye matsɔ wò lã ana dziƒoxeviwo kple gbemelãwo!” David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me. Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel. Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.” Esi Filistitɔ la gbɔna be yeadze David dzi la, David zɔ kaba yi be yeakpe aʋa kplii. Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi. Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui. David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo. Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke. Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me. David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta eye wòtsɔe yi Yerusalem ke etsɔ Filistitɔ la ƒe aʋawɔnuwo da ɖe eya ŋutɔ ƒe agbadɔ me. Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.” Fia Saul gblɔ nɛ be, “Bia ame si ɖekakpui sia fofo nye la ta nam.” Esi David trɔ tso Filistitɔ la wuƒe gbɔ teti ko la Abner kplɔe va Fia Saul gbɔe le esime Filistitɔ la ƒe ta ganɔ David si ko. Saul bia David be, “Ɖekakpui, ame ka vie nenye?” David ɖo eŋu be, “Wò dɔla, Yese, si tso Betlehem la vie menye.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/18-82fe4cc32b5803f8399c0a1834962ae2.mp3?version_id=1613,"Esi Fia Saul wu eƒe nuƒoƒo kple David nu la, Yonatan kpɔ David eye eƒe nu nyo eŋu ale gbegbe be wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ nɔvia ene. Saul na David tsi egbɔ tso gbe ma gbe eye megana wòtrɔ yi aƒe me o. Yonatan ka atam na David be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene. Etsɔ awu ʋlaya si wòdo, eƒe aʋawu, yi kple dati hekpe ɖe alidziblanu ŋu nɛ. Fia Saul na David tsi Yerusalem eye megaɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de o. David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu. Esi ŋutsuawo trɔ gbɔna va aƒe le David ƒe Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, nyɔnuwo tso Israel ƒe duwo katã me be woado go Fia Saul. Wonɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum. Wodzi aseyetsohawo ɖe asiʋuiwo kple gakogoewo ŋu. Esi wonɔ ɣea ɖum la wodzi ha be, “Saul wu eƒe akpewo ke David wu eƒe akpe ewowo.” Saul do dɔmedzoe vevie elabena hagbe la mevivi enu o. Egblɔ le eɖokui me be, “Wotsɔ akpe ewowo na David, ke nye ya akpewo koe wotsɔ nam. Nu kae gasusɔ nɛ wòaxɔ wu fiaɖuƒe la?” Tso gbe ma gbe dzi la, Saul de asi David kpɔkpɔ me kple ŋuʋaʋã ƒe ŋku. Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ ɖe fu na Saul eye wòde asi nuwɔwɔ me abe tsukunɔ ene. David faa akɔ nɛ to kasaŋkuƒoƒo nɛ me, abe ale si wòwɔna ne gbɔgbɔ vɔ̃ la mena eƒe mo dze anyi o la ene. Ke, le ɣeyiɣi sia me la, Saul lé akplɔ ɖe asi. Saul gblɔ le eɖokui me be, “Matɔ akplɔe, amimii ɖe gli ŋu.” Eda akplɔ lae zi eve ke David ƒo asa nɛ zi eveawo katã. Saul ʋã ŋu David elabena Yehowa li kple David hegblẽ eya Saul ɖi. Ale Saul megaɖe mɔ be David nado ɖe yeƒe ŋkume o. Eɖiɖii, meganye aʋafia o, ke boŋ etsɔe ɖo asrafo akpe ɖeka nu. Ke nuwɔna sia boŋ gana amewo gakpɔa ŋudzedze le David ŋu wu. Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii. Saul de dzesi David ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, nu sia na be wògavɔ̃na na David wu tsã, ke Israel kple Yuda blibo la lɔ̃e elabena enɔ ŋgɔ na wo le woƒe aʋawɔwɔ me. Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.” David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!” Esi azã la su na srɔ̃ɖeɖea la, Saul tsɔ via nyɔnu la na Adriel ame si tso Meholat la boŋ wòɖe. Le ɣeyiɣi sia me la, Saul vinyɔnu, Mixal, lɔ̃ David eye esi Saul se nya sia la, edzɔ dzi nɛ. Saul gagblɔ le eɖokui me be, “Esia nye mɔnukpɔkpɔ bubu nam be mana Filistitɔwo nawui.” Ke egblɔ na David be, “Àte ŋu anye nye toyɔvi faa elabena matsɔ vinyenyɔnu suetɔ na wò.” Saul bla nu kple eƒe amewo be woable David be fia la kple yewo siaa yewolɔ̃e ŋutɔ eye yewobu be anyo be wòalɔ̃ ɖe susu si fia la do ɖa la dzi eye wòazu fia la ƒe toyɔvi. Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?” Esi Saul ŋumewo gblɔ nya si David gblɔ la, Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me! Nya sia trɔ na David eya ta hafi ŋkekea naɖo na srɔ̃ɖeɖea la, David kple eƒe amewo yi ɖawu Filistitɔ alafa eve (200) eye wòtsɔ woƒe aʋanuyiwo yi na Fia Saul. Ale Fia Saul tsɔ via nyɔnuvi, Mixal, na David wòɖe. Esi Saul kpɔ ale si Yehowa nɔ kple David kple ale si ameawo katã lɔ̃e hã la, egavɔ̃ David wu tsã eye eƒe fulélee nu ganɔ sesẽm ɖe edzi wu gbe sia gbe. Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/19-027ae54a7d1cb7ad0d3edf9a92f02ae0.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la, Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi. Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.” Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi. Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.” Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.” Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la. Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo. Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.” Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi. Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ. Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o. Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe. Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?” Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.” Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt. Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la, eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me. Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã. Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?” Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.” Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me! Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/20-fd8c7228d2467c999576b0373d065931.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?” Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!” Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.” Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.” Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ. Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’ Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye. Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?” Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.” David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?” Yonatan gblɔ be, “Na míayi gbedzi.” Ale wo ame evea yi gbedzi. Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake. Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene. Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o, ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.” Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene. Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie. Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo. Mava da aŋutrɔ etɔ̃ ɖe kpeawo ŋgɔ abe nane medzidze le dadam ene. Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o. Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake. Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.” Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu. Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo. Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o. Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?” Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem. Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.” Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa? Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!” Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?” Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o. Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ. Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ. Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu. Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò. Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ. Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme. Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me. Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan. Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/21-1dea1c8192553d8377c6cd379d8cb512.mp3?version_id=1613,"David yi Nɔb dua me be yeakpɔ Abimelek, nunɔla la. Ke esi Ahimelek kpɔe la vɔvɔ̃ ɖoe eye wòbiae be, “Nu ka ta wò ɖeka nèva? Nu ka ta ame aɖeke mele ŋuwò o?” David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo. Nuɖuɖu aɖe le asiwòa? Na abolo atɔ̃ alo nu bubu ɖe sia ɖe si nàte ŋui lam.” Nunɔla la ɖo eŋu be, “Abolo dzodzro ya ƒe ɖeke meli o; abolo kɔkɔe koe li. Mexɔe se be miate ŋu aɖui ne wò ɖekakpuiwo medɔ kple nyɔnuwo le ŋkeke siawo me o ko.” David do eŋu be, “Meka ɖe edzi na wò elabena nyemeɖea mɔ na nye ɖekakpuiwo be woade ha kple nyɔnuwo ne míezɔ mɔ o. Ne wole kɔkɔe ne míezɔ mɔ dzodzrowo la, ekema eme kɔ ƒãa be woanɔ kɔkɔe esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe!” Ale, esi nuɖuɖu bubu aɖeke meganɔ anyi o ta la, nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe, Ŋkumeɖobolo, si wotsɔ da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la me nɛ. Gbe ma gbe kee wotsɔ abolo yeye ɖɔlii. Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me. David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!” Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.” David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!” David ɖe abla dzo elabena enɔ vɔvɔ̃m na Saul eye wòyi Fia Akis gbɔ le Gat. Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, “Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena, “ ‘Saul wu akpe eye David wu akpewo’ oa?” David se nya siawo eye wòvɔ̃ nu si Gat fia Akis ate ŋu awɔe. Ale wòwɔ eɖokui abe tsukunɔ ene! Ete fli ɖe ʋɔtruwo ŋu eye wòna ade do tso eƒe nu me hetsyɔ ɖe eƒe ge me. Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo? Tsukunɔ ƒe koe si le wɔyem tae miekplɔ ame sia vɛ be woava anɔ nu siawo ƒomevi wɔm le nye ŋkutaa? Ɖe wòdze be miakplɔ ame sia ƒomevi va nye aƒe mea?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/22-612fe7faead53ce9cd6bc63c8ba73e39.mp3?version_id=1613,"Ale David dzo le Gat eye wòsi yi Adulam ƒe agado me; le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va tsi egbɔ le afi ma. Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene. Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye. Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã. Gbe ɖeka la, Nyagblɔɖila Gad gblɔ na David be wòadzo le agado la me eye wòatrɔ ayi Yuda. Ale David yi ave aɖe me le Heret. Esi wòva ɖo afi ma tetee ko la, Saul se be eva ɖo Yudanyigba dzi elabena Saul nɔ Gibea ɣe ma ɣi. Enɔ anyi ɖe oɖumti aɖe te nɔ fefem kple eƒe yi eye eƒe aʋafiawo ƒo xlãe. Esi wòse nya sia la, egblɔ be, “Miɖo tom, mi Benyaminviwo! Ɖe David do ŋugbe na mi be yeana agbledenyigbawo kple waingblewo mi eye yeado mi ɖe ŋgɔ le aʋakɔ la mea? Esia tae mietsi tsitre ɖe ŋunyea? Mia dometɔ aɖeke megblɔ nam kpɔ be nye ŋutɔ vinye le David dzi o. Miexa nu ɖe nunye gɔ̃ hã o. Mibu eŋu kpɔ! Nye ŋutɔ vinye nado ŋusẽ David be woade xa ɖe ŋunye abe ale si wòwɔ egbea ene.” Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la. Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.” Ale Fia Saul ɖo du ɖe nunɔla Ahimelek, Ahitub viŋutsu kple eƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nye nunɔlawo le Nɔb eye wova fia la gbɔ. Saul gblɔ na Abimelek be, “Ɖo tom, wò Ahitub viŋutsu!” Abimelek ɖo eŋu be, “Mele to ɖom nye aƒetɔ.” Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?” Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la. Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.” Fia Saul do ɣli be, “Wò, Ahimelek kple wò ƒometɔwo katã miaku!” Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!” Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o. Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me. Le esia yome la, eyi Nɔb, nunɔlawo ƒe du me eye wòwu nunɔlawo ƒe ƒometɔwo, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo hekpe ɖe woƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo ŋu. Eye Ahitub vi, Ahimelek ƒe vi ɖeka si ŋkɔ nye Abiata la si dze David yome. Esi Abiata gblɔ nu si Saul wɔ na David la, David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã. Nɔ gbɔnye le afi sia. Mègavɔ̃ o elabena ame si le nye ku dim lae le wò hã tɔ di ge; ànɔ dedie le gbɔnye.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/23-e3576bcb86445cf2a57eb88485ecea66.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, David se be Filistitɔwo va nɔ Keilatɔwo ƒe lugbɔƒe ham, eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.” Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!” David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.” Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo. Ale Abiata, Ahimelek ƒe vi, yi Keila le David gbɔ. Etsɔ eƒe kɔmewu ɖe asi, ale be yeate ŋu ase nya tso Mawu gbɔ agblɔ na David. Eteƒe medidi hafi Saul se be David nɔ Keila o. Saul do ɣli be, “Ahã! Enyo! Míaƒe asi su edzi azɔ, Mawu tsɔe de asi nam elabena eya ŋutɔe yi ɖatu eɖokui ɖe du si woɖo gli ƒo xlãe la me!” Eya ta Saul na be eƒe aʋakɔ blibo la nayi Keila aɖaɖe to ɖe David kple eƒe ameawo. Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ. David gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, mese be Saul gbɔna be yeatsrɔ̃ Keila elabena mele afi sia. Ɖe Keilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Ɖe Saul anya va abe ale si mese enea? Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku, gblɔe nam.” Yehowa gblɔ be, “Ɛ̃, Saul le vava ge.” David bia be, “Ɖe Keilatɔ siawo atsɔ mí ade asi nɛa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woatsɔ mi ade asi nɛ.” Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o. Azɔ la, David nɔ agadowo me le gbedzi le Zif ƒe tonyigba dzi. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Saul di David gake Mawu metsɔ David de asi nɛ o. Gbe ɖeka esi David nɔ Hores le Zif gbegbe la, ese be Saul le eƒe agbe yome tim. Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me. Yonatan ka ɖe edzi na David bena “Mègavɔ̃ o, fofonye ƒe asi masu dziwò gbeɖe o! Wòe azu fia ɖe Israel dzi eye manɔ ŋuwò, anye evelia na wò abe ale si fofonye nyae nyuie ene.” Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe. Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi. Amegã, va ne míalée na wò ekema wò didi gãtɔ ava eme!” Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam! Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye. Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!” Ale wodo ŋgɔ na Saul yi Zif. David kple eƒe amewo nɔ Maon gbegbe si le Araba le Yesimo ƒe dziehe lɔƒo. Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la. Saul nɔ to aɖe ƒe akpa ɖeka ŋu eye David hã nɔ to ma ke ƒe akpa evelia ŋu. Esi wòsusɔ vie Saul kple eƒe amewo naɖe to ɖe David kple eƒe amewo la, David dze agbagba be yeasi gake mɔnukpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o. Le ɣe ma ɣi tututu la, du va tu Saul be Filistitɔwo gava nɔ Israel ham. Eya ta Saul ɖe asi le David yometiti ŋu eye wòtrɔ yi be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo. Tso ɣe ma ɣi dzi la, woyɔa teƒe si David ƒu asaɖa anyi ɖo la be “Kaklã ƒe Agakpe.” David yi ɖanɔ En Gedi ƒe agadowo me azɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/24-4d2e55512f9c1da3b9f5b5a39d94f38b.mp3?version_id=1613,"Esi Saul wɔ aʋa kple Filistitɔwo eye wòtrɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ be David yi gbedzi le En Gedi. Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi. Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me! David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to! Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me. Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.” David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo. Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi. David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò? Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’ Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa. “Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o. Lododo xoxo aɖe gblɔ be, ‘Nu vɔ̃ɖi doa go tsoa ame vɔ̃ɖiwo me.’ “Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua? Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.” Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe. Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò. Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o. Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta. Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me. Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!” Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/25-1bd78a6bc0387e9a8b038823b2ad9259.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Samuel ku eye Israel blibo la ƒo ƒu hena kunu la wɔwɔ. Woɖii ɖe eƒe ƒometɔwo ƒe anyigba dzi le Rama. Le ɣeyiɣi sia me la, David yi gbedzi le Paran. Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ (3,000) kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo. Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã. Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la, eɖo eƒe ɖekakpui ewo ɖe Karmel be woado gbe na Nabal eye woagblɔ nɛ be, “Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi. Wogblɔ nam be èle fu kom na wò alẽwo kple gbɔ̃wo. Le ɣeyiɣi si me wò alẽkplɔlawo nɔ mía dome la, míewɔ nuvevi aɖeke wo kpɔ o eye míefi woƒe naneke kpɔ hã o. Wò ɖekakpuiwo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu na wò. Mele nye amewo ɖom ɖa be woabia nunana aɖe tso gbɔwò elabena ŋkekenyui aɖe va tu mí. Míeɖe kuku, na nu sia nu si dze ŋuwò ko la mí.” Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal. Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ. Ɖe matsɔ nye abolo kple nye tsi kple lã si mewu na nye fukolawo la ana ameha aɖe si tso afi si nyemenya oa?” Ale David ƒe ɖekakpuiawo trɔ gbɔ va gblɔ nya siwo Nabal gblɔ la nɛ. David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene (400) dze mɔ kple David eye ame alafa eve (200) tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm. Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka yi ɖagblɔ na Nabal srɔ̃, Abigail, be, “David ɖo amewo ɖa tso gbedzi be woaƒo nu kple míaƒe aƒetɔ ke míaƒe aƒetɔ dzu wo eye wòblu ɖe wo. Ke ame siawo wɔ nyui na mí. Womewɔ nuvevi aɖeke mi o. Le ɣeyiɣi si katã míenɔ gbegbea kpli wo la, míaƒe naneke mebu o. Wonye kpɔtɔtɔ ƒo xlã mí zã kple keli esime míenɔ míaƒe alẽhawo dzi kpɔm le wo gbɔ. Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.” Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi. Egblɔ na eƒe dɔlawo be, “Midze mɔ, madze mia yome” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a, Nabal, o. Esi wònɔ eƒe tedzia dom va ɖo to aɖe ƒe balime la, David kple eƒe ameawoe nye ekem ɖiɖi gbɔna egbɔ eye wòyi ɖado go wo. Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam. Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!” Esi Abigail kpɔ David la, eɖi le eƒe tedzi dzi enumake eye wòde ta agu ɖe David ŋgɔ. Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si. Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o. Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu. Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo. Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o. Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene. Ne Yehowa wɔ nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò eye nèzu Israel Fia la, ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!” David ɖo eŋu na Abigail be, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe! Míada akpe na Mawu le susu nyui si wòna wò la ta! Meda akpe na wò be nèɖem tso amewo ƒe ʋukɔkɔɖi kple nye asitsɔtsɔ bia hlɔ̃e la me, elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.” David xɔ Abigail ƒe nunana la eye wògblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aƒe eye megavɔ̃ o elabena yemawu srɔ̃a o. Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke. Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene. Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku. Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃. Esi dɔlawo va ɖo Karmel eye wogblɔ nu si ta wova na Abigail la, elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.” Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃. David ɖe srɔ̃ bubu, Ahinoam, tso Yezreel hã. Ke Fia Saul zi via nyɔnu Mixal, ame si nye David srɔ̃ la, dzi wòɖe Palti, Lais vi, tso Galim." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/26-66a0d71315d4d11f2ed837879c8882a2.mp3?version_id=1613,"Zifitɔwo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be, “Ɖe David mebe ɖe Hakila togbɛ si dze ŋgɔ Yesimon to la dzi oa?” Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David. Saul ƒu asaɖa anyi ɖe mɔ si ɖo ta Hakila tɔgbɛ si dze ŋgɔ Yesimon mɔto, ke David ya nɔ gbegbea. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã. David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe. David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.” Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo. Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!” Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia? Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku. Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!” Ale David tsɔ akplɔ la kple tsinoze la dzoe ke ame aɖeke mekpɔ wo o eye ame aɖeke menyɔ hã o elabena Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Wolia to si le go kemɛ la va se ɖe esime woɖo didiƒe aɖe. Azɔ la, David do ɣli ɖo ɖe Saul kple Abner be, “Abner, nyɔ!” Abner bia be, “Wò ame kae le ɣli dom nenema hele fia la nyɔm tso alɔ̃ me?” David ɖo eŋu fewuɖutɔe be, “Menye wòe nye ame gãtɔ kekeake le Israel oa? Ekema nu ka ta mèdzɔ wò aƒetɔ, fia la, ŋu esi ame aɖe va be yeawui o? Esia menyo kura o! Metsɔ Yehowa ka atam na wò be ele be nàku le wò ŋudzɔmanɔmanɔ ta. Afi ka fia la ƒe akplɔ kple eƒe tsinoze si nɔ eƒe tagbɔ la le?” Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?” David ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.” Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ? Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo. Eya ta azɔ la, mègana nye ʋu naɖuɖu ɖe anyigba, afi si didi tso Yehowa gbɔ o. Israel fia va le axɔ̃ aɖe dim abe ale si ame dia tegli le towo dzi be yeawu ene.” Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.” David gblɔ na Saul be, “Amegã, wò akplɔe nye esi, na wò ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afi sia ava xɔe. Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã. Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.” Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/27-0c61ad36c2d4478b0f8b150cd7f6476a.mp3?version_id=1613,"Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.” Ale David kple ame alafa ade (600) siwo le eŋu la dzo heyi Akis, Mayok vi, Gat fia, gbɔ. David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi. Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti. Gbe ɖeka David gblɔ na Akis be, “Nye aƒetɔ, ne anyo na wò la, ekema nàna míanɔ du sue aɖe me ke menye fiadua me le afii o.” Ale Fia Akis tsɔ Ziklag na David eye wòzu Yuda fia ƒe du va se ɖe egbe. David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene. Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham. Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis. Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?” David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.” David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome. Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/28-406e4158978f1504d55f46f4f5bc7dec.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke mawo me la, Filistitɔwo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo be woawɔ aʋa kple Israel. Akis gblɔ na David be, “Nyae be wò kple wò ameawo miakplɔm ɖo anɔ nye aʋakɔwo dome.” David ɖo eŋu nɛ be, “Ekema wò ŋutɔ àkpɔe na ɖokuiwò, nu si wò dɔla ate ŋu awɔ.” Akis ɖo eŋu be, “Enyo matsɔ wò awɔ ŋunyedzɔlae hena wò agbemeŋkekewo katã.” Azɔ la, Samuel ku eye Israel dukɔ blibo la fae, woɖii ɖe wo de le Rama. Fia Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple afakalawo katã ɖa le Israelnyigba la dzi. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem, ke Saul ƒo Israel blibo la nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilead. Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒe agbɔsɔsɔ la, dzidzi ƒoe eye wòvɔ̃ ŋutɔ. Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o. Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.” Dɔlawo gblɔ nɛ be, “Ŋɔliyɔla aɖe le Endor.” Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve. Saul gblɔ na ŋɔliyɔla la be, “Bia gbe gbɔgbɔ aɖe nam eye nàyɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la nam.” Gake nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Le nyateƒe me ènya nu si Saul wɔ. Eɖe afakalawo kple ŋɔliyɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Nu ka ŋutie nètre mɔ na nye agbe be yeahe ku vɛ nam?” Saul tsɔ Yehowa ka atam nɛ be, “Meta Yehowa ƒe agbe be womahe to na wò ɖe nu sia ta o.” Nyɔnu la biae be, “Ame kae nèdi be mayɔ na ye?” Saul do eŋu be, “Yɔ Samuel nam.” Esi nyɔnu la kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be, “Nu ka ŋutie nèblem ɖo? Wòe nye Saul!” Fia Saul gblɔ nɛ be, “Mègana dzidzi naƒo wò o! Nu ka nèkpɔ?” Ŋɔliyɔla la ɖo eŋu be, “Mekpɔ gbɔgbɔ aɖe wòle dodom tso tome gbɔna.” Saul bia be, “Aleke eƒe dzedzeme le?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ame si gbɔna la nye amegãɖeɖi si do awu ʋlaya.” Tete Saul dze sii be Samuel ye eye wodze klo tsyɔ mo anyi. Samuel bia Saul be, “Nu ka ta nèɖe fu nam heyɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be, “Elabena meɖo xaxa gã aɖe me. Filistitɔwo gaho aʋa ɖe mía ŋu, ke Mawu gblẽm ɖi eye meɖo nya aɖeke ŋu to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃ekuku me o. Eya ta meva yɔ wò be nàgblɔ nu si mawɔ la nam.” Samuel ɖo eŋu be, “Nu ka ta nàbiam esi Yehowa gblẽ wò ɖi eye wòzu wò futɔ? Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David. Esiawo katã va dziwò elabena mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi esi wòdo dɔmedzoe kaɖikaɖi ɖe Amalekitɔwo ŋu o. Yehowa atsɔ wò kple Israel blibo la ade asi na Filistitɔwo eye etsɔ la wò kple viwò ŋutsuwo miava nɔ gbɔnye le afii. Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.” Saul mlɔ anyigba hedra ɖe anyigba azɔ, ʋaʋã meganɔ eŋu o, le Samuel ƒe nyawo ta. Dɔwuame hã na ŋusẽ vɔ le eŋu elabena meɖu naneke ŋkeke blibo la o. Esi ŋɔliyɔla la kpɔ ale si vɔvɔ̃ ɖoe la egblɔ be, “Amegã, metsɔ nye agbe ke eye mewɔ wò ɖoɖo dzi. Azɔ la, nu si magblɔe nye be nàna mana nane wò nàɖu, ale be ŋusẽ naɖo ŋuwò hena wò mɔzɔzɔ yi wò nɔƒe.” Ke Saul be, “Nyemaɖu o.” Eŋumewo ɖe kuku nɛ kpe ɖe ŋɔliyɔla la ŋu va se ɖe esime wòlɔ̃. Efɔ azɔ eye wònɔ abati dzi. Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo eye wòtsɔ nuɖuɖu la vɛ na fia la kple eŋumewo woɖu eye wodzo le zã la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/29-94630ed9485fa5899d6a58f0759b77a5.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Filistitɔwo ƒe aʋakɔ kpe ta ɖe Afek eye Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe vudoawo gbɔ le Yezreel. Esime Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo nɔ woƒe aʋalɔgowo kplɔm va yina la, David kple eƒe amewo nɔ wo megbe kple Fia Akis. Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?” Fia Akis gblɔ na wo be, “Ame siae nye David, Israel fia Saul ƒe subɔla ame si si le egbɔ. Ƒe aɖewo nye esi wòle gbɔnye eye nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu kpɔ tso esime wòva gbɔnye o.” Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea? Ame sia ŋue nyɔnuwo dzi ha le, le woƒe ɣeɖuɖuwo me be, “Saul wu akpe eye David wu akpewo!” Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o. Meɖe kuku, migawɔ nu si ado dɔmedzoe na wo o, ke boŋ mitrɔ dzo kpoo!” David bia Akis be, “Nu ka mewɔ eye nu ka nèkpɔ le wò dɔla ŋu tso gbesigbe meva gbɔwò va se ɖe egbe, si na be miawɔm ale? Nu ka ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ ƒe futɔwo o?” Akis metrɔ eƒe tameɖoɖo o. Egagblɔ be, “Le nye ɖeka gome la, èle abe mawudɔla ene, ke nye aʋafiawo le vɔvɔ̃m na wò kpekpe ɖe mía ŋu le aʋawɔwɔ me. Mifɔ ŋdi kanya eye miadzo ne agu dze ko.” Ale David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya be yewoatrɔ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Filistitɔwo hã dzo yi Yezreel." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/30-3b5138025ac33749cce672dc9886b347.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe. Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la, wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome. Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui. David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi. David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!” David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi. Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno. Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o. David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ. Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.” David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.” Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta. David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si. David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã. Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe. David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.” Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe. Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.” Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi. Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.” Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe. Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.” Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir, Aroer, Sifmɔt, Estemoa, Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo, Horma, Bor Asan, Atak, kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1SA/31-89b86557a615f33cdf8c79e5c16e80c4.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu. Esi akpoxɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã mu dze eƒe yi nu eye wòku kplii. Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi. Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me. Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean. Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo. Woɖi woƒe afi ɖe logoti la te le Yabes eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GAL/1-819c8611899d98aba73598f106233366.mp3?version_id=1613,"Nye Paulo, apostolo si ame aɖeke medɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi meto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu, Fofo si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gbɔe agbalẽ sia tso. Nɔvi Kristotɔ, siwo le afi sia kplim la le gbe dom na mi. Na hame siwo le Galatia nutowo me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo, ame si ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu, mía Fofo la ɖoe ene, eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me le Mawu, mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nu. Eya tɔe nye bubu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome, evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum. Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi. Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o. Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, medi be mana mianya be nyanyui si gblɔm mele la menye nya si tso ame aɖeke gbɔ o. Nyemexɔe tso ame aɖeke gbɔ o, alo menye ame aɖekee fiam o, ke boŋ mexɔe to ɖeɖefia me tso Yesu Kristo gbɔ. Miese nu tso ale si menɔ agbee va yi ŋu esi menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti Mawu ƒe hame la yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe, hedze agbagba be matsrɔ̃ wo. Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu. Gake esi wòdze Mawu, si tiam tso danye ƒe dɔ me ke ŋu, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm, eye wòɖe eya ŋutɔ Via fiam be magblɔ eƒe nya na ame siwo menye Yudatɔwo o la, nyemegblɔ be maxɔ aɖaŋu tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko. Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem be madze si Kefa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃. Nyemekpɔ apostoloawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko. Mele kakaɖedzi nam mi le Mawu ŋkume be nya si ŋlɔm mele na mi la menye aʋatso o. Le esia megbe la, meyi Siria kple Kilikia. Hame siwo le Yudea le Kristo me la medze sim o. Nu si wonya koe nye nya si amewo nɔ gbɔgblɔm be, “Ame si nɔ mía yome tim tsã la le gbeƒã ɖem xɔse si wòdze agbagba be yeatsrɔ̃ la fifia.” Eye wokafu Mawu ɖe tanye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GAL/2-4d0ee87fa2c809756fdaaee88baee21d.mp3?version_id=1613,"Le ƒe wuiene megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnabas kple Tito ɖe asi. Meyi le nu si Mawu ɖe fiam la nu, be mayi aɖawɔ takpekpe kple ame siwo wobuna abe kplɔlawo ene le afi ma. Megblɔ nyanyui si megblɔna na ame siwo menye Yudatɔwo o la na wo. Medi be makpɔ kakaɖedzi be nyemele du ƒum, eye nye duƒuƒu nye dzodzro o. Togbɔ be Tito, ame si le ŋunye nye Helatɔ hã la, womezi edzi be wòatso aʋa o. Kuxi sia do mo ɖa, elabena aʋatsoxɔsetɔ aɖewo va ge ɖe mía dome, be yewoalé ŋku ɖe ablɔɖe, si su mía si le Kristo Yesu me la ŋu, ne yewoawɔ mí kluviwoe. Míeɖo to wo kura o, kple susu be míalé nyanyui la ƒe nyateƒenyenye me ɖe asi na mi. Ke ame siwo ŋu wodea bubui la, ame ka ke wonye hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ame siwo buna bena wonye nane la, womegblɔ nya aɖeke fiam o. Ke boŋ wode dzesii be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ de asi nam be magblɔ na aʋamatsomatsotɔwo abe ale si wodee asi na Petro be wòagblɔ na aʋatsotsotɔwo la ene. Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na aʋatsotsotɔwo ene la, eya kee li kple nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na ame siwo menye Yudatɔwo o la ene. Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ. Nya si wogblɔ koe nye be míanɔ ŋku ɖom ame dahewo dzi, nu si medina be mawɔ ɣe sia ɣi. Ke esi Kefa va Antioxia la, metsi tsitre ɖe eŋu, elabena wotso enu. Elabena hafi ŋutsu aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, enɔa nu ɖum kple ame siwo menye Yudatɔwo o la. Gake esi wova ɖo la, ehe ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖe aga tso ame siwo menye Yudatɔwo o la ŋu, elabena enɔ vɔvɔ̃m na ame siwo nye aʋatsotsotɔwo. Yudatɔ bubuawo hã dze eƒe alakpanuwɔwɔ yome, eye woƒe alakpanuwɔwɔ na be Barnabas gɔ̃ hã tra mɔ. Esi mede dzesii be woƒe agbenɔnɔ mesɔ ɖe nyanyui la ƒe nyateƒe la nu o la, meka mo na Kefa le wo katã ƒe ŋkume be, “Yudatɔ nènye, gake èle agbe nɔm abe ame si menye Yudatɔwo o la ene. Nu ka ta nèzi ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ɖo? “Ke mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme eye míenye nu vɔ̃ wɔlawo abe ame siwo menye Yudatɔwo ene o la, míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o. “Gake ne míedi be woatso afia na mí le Kristo me eye mí Yudatɔwo hã míele nu vɔ̃ wɔlawo dome ɖe, ɖe mefia be Kristo le nu vɔ̃ dzi dem o mahã? Gbeɖe! Ne megbugbɔ nu siwo megblẽ la ɖɔɖola, ekema mezu sedzidala. “Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu. Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye. Nyemegbe nu le Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, elabena ne míakpɔ dzɔdzɔenyenyenye to se la me la, ekema Kristo ku dzodzro!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GAL/3-0abcd8534ad4bf576ce784ee3e845c5c.mp3?version_id=1613,"O, mi Galatiatɔ bometsilawo! Ame kae flu mi? Miawo ŋutɔwoe wogblɔ Yesu Kristo ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe nya na. Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea? Ɖe mietsi bome nenema gbegbea? Esi mietsɔ Gbɔgbɔ la dze egɔmee la, azɔ ɖe miedi be yewoatsɔ ŋutilã awu enua? Ɖe miekpe fu siawo dzodzroa, nenye dzodzroe hã? Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea? Nenema ke Abraham hã xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ. Eya ta mise egɔme be ame siwo si xɔse le la, woawoe nye Abraham ƒe viwo. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na ame siwo menye Yudatɔwo o la le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã nyanyui la na Abraham do ŋgɔe be, “Woayra dukɔwo katã to dziwò.” Eya ta ame siwo katã si xɔse le la, woyra woawo hã abe Abraham, ame si xɔ Mawu dzi se la ene. Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.” Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.” Wometu se la ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.” Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.” Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo. Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã. Ŋugbedodo la nye Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la megblɔ be “na dzidzimeviwo o” si gɔmee nye ame geɖewo, ke boŋ “na wò dzidzimeviwo” si gɔmee nye ame ɖeka si nye Kristo. Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o. Elabena ne domenyinyi la ku ɖe se la ŋu la, ekema megaku ɖe ŋugbedodo la ŋu o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsɔe ke Abraham. Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla. Ke avuléla menye ame ɖeka o; gake Mawu la ya nye ɖeka. Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me. Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexea me katã le nu vɔ̃ ƒe babla me, be ŋugbedodo si Mawu na to Yesu Kristo dzixɔse me la nasu ame siwo xɔe se la si. Hafi xɔse sia nava la, míenɔ babla me le se la te va se ɖe esime woɖe xɔse si le vava ge la ɖe go. Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me. Azɔ esi xɔse sia va la, míegale se, si nye mɔfiala la te o. Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me, elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene. Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me. Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GAL/4-79cd26b132378181ed3072b405b34055.mp3?version_id=1613,"Nya si gblɔm mele lae nye be zi ale si domenyila aɖe nye ɖevi ko la, vovototo aɖeke mele eya kple kluvi dome o, evɔ eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi. Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ la va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo da ɖi la. Nenema ke esi míawo hã míenye ɖeviwo la, míenɔ xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo kple gbɔgbɔ siwo kpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia me dzi la ƒe kluvinyenye te. Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene. Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “ Abba, Fofo.” Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae. Tsã la, esi mienya Mawu o la, mienye kluvi na nu siwo menye mawuwo tso dzɔdzɔme o la. Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea? Miewɔna ɖe ŋkekewo kple ɣletiwo, azãgbewo kple ƒewo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo dzi. Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be agbagba siwo katã dzem mele ɖe mia ta la zu dzodzro mahĩ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele kuku ɖem na mi be miwɔ nu abe nye ene, elabena nye hã mezu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o. Abe ale si mienyae ene la, menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ. Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye alo do vlom o, ke boŋ miexɔm, eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo Yesu Kristo ŋutɔ ene. Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam. Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia? Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu. Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui ɖaa, ke menye le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko o. Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba. Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia, ne nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o. Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se la te la, mienya nu si se la gblɔ oa? Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi, ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu. Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu. Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar. Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada. Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.” Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo. Abe ale si viŋutsu, si wodzi le ŋutilã la nu ti viŋutsu, si wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome va yi ene la, nenema tututu wògale fifia hã. Ke nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? Egblɔ be, “Nya kosi la kple via, elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi gbeɖe o.” Eya ta nɔviwo, menye kosi la ƒe viwo míenye o, ke boŋ míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GAL/5-cf1b45c0d5b3f0946802082f53a0b69a.mp3?version_id=1613,"Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o. Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o. Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi. Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi. Elabena to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, míele mɔ kpɔm vevie na dzɔdzɔenyenye la le xɔse me. Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me. Mienɔ du ƒum nyuie hafi. Ke ame kae va flu mi, eye wòxe mɔ na mi be miagaɖo to nyateƒe la o? Menye ame si yɔ mi lae ƒo nya sia ɖe mia nu o. “Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna.” Mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ la me be miabu nu bubu aɖeke ŋuti o. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum hã la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ. Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa. Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo. Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me. Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o. Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o. Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o. Ke ŋutilã ƒe nudzodzrowo dze ƒãa. Woawoe nye: matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo, ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o. Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti. Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te. Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/GAL/6-4d52695217225536c0fa8225ff1a4ddb.mp3?version_id=1613,"Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o. Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu. Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eble eɖokui. Ame sia ame nado eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo kpɔ, ekema woate ŋu aƒo adegbe le wo ɖokuiwo ɖeɖe ko me, ke menye be woatsɔ wo ɖokuiwo asɔ kple ame bubu aɖeke o, elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba. Ame siwo wofia nui le nya la me la, nama woƒe nu nyuiwo kple woƒe nufiala. Migable mia ɖokuiwo o. Mawu menana woɖua fewu le eŋuti o. Elabena nu si ame ƒãna la, eya ke wòŋena. Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me. Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo. Mikpɔ ŋɔŋlɔdzesi gã siwo metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ ɖo ɖe mi la ɖa! Ame siwo le didim be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la le agbagba dzem be yewoazi mia dzi woatso aʋa na mi, le susu ɖeka sia ko ta be womagati yewo yome ɖe Kristo ƒe atitsoga la ta o. Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu. Nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ko ŋu. Eya me woto klã xexea me ɖe atitsoga ŋuti nam, eye woklã nye hã ɖe atitsoga ŋuti na xexea me. Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye. Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel la hã. Tso azɔ dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam le nu siawo ŋuti o, elabena Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu. Nɔviwo, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ. Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/1-7db67fda0dfdb53def739603726044db.mp3?version_id=1613,"Solomo ƒe hawo ƒe ha. Tsɔ wò nu gbugbɔ nu nam, elabena wò lɔlɔ̃ doa dzidzɔ nam wu wain. Wò ami ʋeʋĩ si nèsi la le ʋeʋẽm ɖem nyuie; wò ŋkɔ le abe ami si wowu la ene. Mewɔ nuku be ɖetugbiwo lɔ̃ wò nenema gbegbe o! Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla! Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee. Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain. Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea! O! Yerusalem vinyɔnuwo, ame yie menye, ke menyo abe Kedar ƒe agbadɔwo kple Solomo ƒe agbadɔ ƒe mɔnuvɔwo ene. Mègate ŋku nɔ kpɔyem, elabena menyo o; nyae be ɣee ɖum menyɔ alea. Danyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye, eye wona mekpɔ woƒe waingblewo dzi, ke megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi. Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na, afi ka nènyia wò lãhawo le, eye ne ŋdɔ ʋu la, afi ka nènana wotsyɔa akɔ ɖo? Nu ka ŋuti manɔ abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume ene le xɔ̃wòwo ƒe lãhawo gbɔ? Wò, tugbewo ƒe fia, ne mènyae o la, do afɔ na alẽhawo, eye nànyi wò gbɔ̃viwo le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ. Nye lɔlɔ̃tɔ, metsɔ wò sɔ kple sɔnɔ si wotsi ɖe Farao ƒe tasiaɖam ɖeka ŋuti. Togɛ si nède la wɔe be wò alɔgo nya kpɔ nyuie, eye kɔga siwo nède la hã dze wò. Míawɔ sikatogɛwo na wò, eye woawɔ klosalokpɛviwo ɖe ete. Esi fia la le nuɖukplɔ̃ ŋu la, nye ami ʋeʋĩe le ya ɖem. Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe lifigoe le nye akɔnu ene. Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo si wogbe hebla tso En Gedi waingble me ene. Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, aleke nènya le kpɔkpɔm ale! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛtɔwo ene. Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka ŋutɔ! O, aleke nèhedze ɖekae nye esi! Míaƒe aba de ama nyuie. Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedatiwo, eye míaƒe xɔ ƒe dzisasãwo nye vɔvɔli." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/2-720fcbcbadaad4876cca7aee19483222.mp3?version_id=1613,"Nyee nye Saron seƒoƒo kple dzogbenya le balimewo. Abe ale si dzogbenya le ŋuwo domee ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖetugbiwo dome. Abe ale si apluti nɔna le avemetiwo dome ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo dome. Melɔ̃a anyinɔnɔ ɖe eƒe vɔvɔli te, eye eƒe kutsetse vivia nunye ŋutɔ. Ekplɔm yi ɖe afi si woɖo kplɔ̃ ɖo, eye lɔlɔ̃ nye aflaga si wòtsɔ tsyɔ dzinye. Etsɔ waintsetsebolo do ŋusẽm kple aplu fa dzi nam, elabena lɔlɔ̃ na meku ƒenyi. Etsɔ eƒe miabɔ de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam. Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ lɔ̃ hafi.” Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖo to afii! Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔe nye ekem gbɔna, le kpo tim flɔ towo, eye wòle kpo dzom le togbɛwo tame. Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene. Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre ɖe míaƒe kpɔ godo, le nu kpɔm to fesre nu, eye wòdo ŋku ɖa to fesrenuvɔ me. Nye lɔlɔ̃tɔ ƒo nu kplim be, “Nye dzi lɔlɔ̃a, tsi tsitre, eye nye tugbefia, va dze yonyeme. Kpɔ ɖa, vuvɔŋɔli nu va yi, tsidzadza ke, eye enu va yi. Seƒoƒo ke ɖe anyigba dzi, hadzidzi ƒe ɣeyiɣi ɖo, eye wose akpakpawo ƒe xɔxlɔ̃ le míaƒe anyigba dzi. Gbotiwo de asi tsetse me xoxo, eye wainkawo ƒe seƒoƒo le ya ɖem nyuie. Tso va, nye dzi lɔlɔ̃a; nye tugbefia, va dze yonyeme.” Nye ahɔnɛ le agakpewo tome, le towo ƒe bebeƒewo, do wò mo ɖa, eye na mase wò gbe, elabena wò gbe vivina, eye wò mo nya kpɔna. Milé abeiwo nam, abeivi siwo le wainkawo gblẽm, eye wole míaƒe wainka siwo ƒo se la gblẽm. Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya ame si le tsa ɖim le dzogbenyawo dome. Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ hafi ŋu nake, viviti nasi dzo, eye nànɔ abe sãde alo zivi le togbɛ tsakliwo dzi ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/3-d4016fbfde6a05d454395d928f2b2aa0.mp3?version_id=1613,"Medi ame si nye dzi lɔ̃na la le nye aba dzi zã blibo la katã; medii, gake nyemekpɔe o. Matso azɔ ayi aɖadii le dua me, le ablɔwo dzi kple kpɔdomewo. Matsa adi ame si nye dzi lɔ̃na la, ale medii ʋuu keke, gake nyemekpɔe o. Esi mele tsatsam le dua me le edim la, medo go zãdzɔlawo, eye mebia wo be, “Miekpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la mahã?” Nyemekpɔ dze le wo ŋu hafi kpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la o. Meku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ be madzo o, va se ɖe esime mekplɔe yi danye ƒe aƒe me, yi ɖe ame si dzim la ƒe xɔ me. Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.” Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene? Kpɔ ɖa, Solomo ƒe tasiaɖam ye! Kalẽtɔ blaade siwo nye aʋakalẽtɔ akuakuawo tso Israel ƒe aʋakɔwo dome la le eŋu dzɔm. Wo katã wota yi ɖe aklito, wobi ɖe aʋawɔwɔ me, woƒe asiwo le woƒe yiwo dzi, eye wole klalo na zãmeŋɔdzi ɖe sia ɖe. Fia Solomo ŋutɔe wɔ tasiaɖam la na eɖokui, ewɔe kple ʋuƒo siwo wotsɔ tso Lebanon. Ewɔ eƒe afɔtiwo kple klosalo, eye wòwɔ egɔme kple sika. Wotsɔ agovɔ nyuitɔ wɔ zikpui si le eme, eye wotsɔ Yerusalem nyɔnuviwo ƒe lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃ na emee. Mi Zion vinyɔnuwo, mido go va kpɔ Fia Solomo si ɖɔ fiakuku, kuku si dadaa ɖɔ nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe, gbe si gbe eƒe dzi kpɔ dzidzɔ vevie la ɖa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/4-2e035108419ed6749e096c6e986f1b7c.mp3?version_id=1613,"Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene le wò moxevɔ la me. Wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo le ɖiɖim tso Gilead to dzi la ene. Wò aɖuwo fu tititi abe alẽha siwo woko fu na teti, eye wole tsi na wo la ene. Ɖe sia ɖe le zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o. Wò nuyiwo le abe ɖablanu dzĩ ene, eye wò nu nya kpɔna ŋutɔ. Wò tonuƒuiwo le dzedzem le wò moxevɔ me abe atɔtɔ si me woma ɖe eve la ene. Wò kɔ le abe David ƒe xɔ tsrala si le dzedze tɔxɛ me, eye wotsɔ kalẽtɔ akpe nanewo ƒe akpoxɔnu ku ɖe eŋuti la ene. Wò nowo le abe sãdevi eve ene alo abe sãde ƒe evenɔvi siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene. Mayi lifitowo kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ togbɛwo dzi va se ɖe esime ŋu nake, eye viviti nasi adzo. Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o. Nye ŋugbetɔ, va mídzo le Lebanon, kplɔm ɖo ne míado go le Lebanon. Ɖiɖi tso Amana tame, tso Senir kple Hermon tame, tso dzatawo ƒe do me kple lãkletowo dzi. Wò nu lé dzi nam, nɔvinye nyɔnu kple nye ŋugbetɔ; wò nu lé dzi nam esi nètsɔ wò ŋkuwo kpɔm zi ɖeka pɛ ko, eye nye ŋkuwo lɔ kɔga si nède la. Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain, eye ami ʋeʋĩ si nèsi la ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋĩwo katã ta! Nye ŋugbetɔ, wò nuyiwo le vivim abe anyitsito ene, eye notsi kple anyitsi le wò aɖe te. Awu siwo nèdo la le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ abe Lebanon ƒe ʋeʋẽ ene. Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu, èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene. Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo kple tsitsetse si nu wotre la ene. Wò nuku siwo nèƒã ɖe agble me la woe nye: atɔtɔ, sikɔni, adrike, gbe ʋeʋĩwo, agumetaku, sabala, sinamon kple atike ʋeʋĩ vovovowo kpe ɖe lifi, aloe kple nu ʋeʋĩ nyuitɔwo ŋu. Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me, kple vudo si yɔ gbã go hele sisim tso Lebanon ene. Nyɔ, anyieheya, ne nàva; dzieheya, wò hã va! Ƒo to nye abɔ me, be eƒe ʋeʋẽ nakaka ɖe yame. Na be nye lɔlɔ̃tɔ nava eƒe abɔ me, eye wòaɖɔ eƒe kutsetse nyuitɔwo kpɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/5-6a043cdc88b1ec3e94b52f2fb07fb98b.mp3?version_id=1613,"Meva nye abɔ me, nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ; megbe nye lifi kple nu ʋeʋĩwo. Meɖu nye anyito, heno nye anyitsi; meno nye wain kple nye notsi. Miɖu nu, eye miano nu, O xɔlɔ̃wo, miɖu nu miaɖi ƒo, O lɔlɔ̃tɔwo. Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu. Meɖe nye awuwo ɖi; ɖe magatsɔ wo adoa? Meklɔ nye afɔwo; ɖe magaƒo ɖi woa? Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, nye dzi tso tititi ɖe eŋu. Metso be maʋu ʋɔ na nye lɔlɔ̃tɔ, eye ami ʋeʋĩ le tsyɔtsyɔm le nye asi kple asibidɛwo ŋu, heɖuɖu ɖe gameti la ƒe asiléƒe ŋu. Meʋu ʋɔ na nye lɔlɔ̃tɔ, gake nye lɔlɔ̃tɔ dzo; megale ʋɔa godo o. Esi wòdzo la, nye dzi ge ɖe dɔ me nam. Metsa dii, gake nyemekpɔe o. Meyɔe, gake metɔ o. Zãɖiala siwo le tsatsam le dua me la do gom. Woƒom, de abi ŋunye; dzɔla siwo le gliwo ŋu dzɔm la hã xɔ awu kpekpe si medo ɖe awu dzi la le asinye! O Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi; ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, nya kae miagblɔ nɛ? Migblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam. Wò, tugbefia, aleke wò lɔlɔ̃tɔ nyo wu lɔlɔ̃tɔ bubuawoe? Nu ka wò lɔlɔ̃tɔ tsɔ ƒo bubuawo tae hafi nèta nu na mí alea? Nye lɔlɔ̃tɔ le keklẽm, eye wòbiã, ale wòƒo ame akpe ewo ta. Eƒe ta nye sika nyuitɔ, eƒe taɖa le mlɔmlɔmlɔ, eye wònyɔ abe akpaviã ƒe fu ene. Eƒe ŋkuwo le abe ahɔnɛ siwo le tɔʋuwo to la tɔwo ene, woklɔ wo kple notsi, eye wosɔ ɖe ŋkutome nɛ abe dzonu ene. Eƒe alɔgowo le abe kutsetse ʋeʋĩ si ɖo ɖe ɖoɖo nu, eye wòle ya ɖem nyuie la ene. Eƒe nuyiwo le abe dzogbenya si le ami ʋeʋĩ tsyɔm la ene. Eƒe abɔwo le abe sikati si ŋuti woɖo sohamkpe ɖo la ene. Eƒe ŋutigbalẽ le abe nyiɖu si ŋuti wotutu wòzrɔ̃ nyuie, eye wotsɔ safir ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu la ene. Eƒe afɔwo le abe kpe xɔasi sɔti si wotsɔ sika nyuitɔ ɖo gɔmeɖokpe na la ene. Eƒe dzedzeme le abe Lebanon ene, eye wòxɔ asi abe eƒe sedatiwo ene. Vivi le eƒe nu me gɔ̃ hã, eye eya amea dzeani ŋutɔ. O Yerusalem vinyɔnuwo, esiae nye nye lɔlɔ̃tɔ, esiae nye xɔ̃nye.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/6-92153451b0808a3e8a5f68e286ab4a29.mp3?version_id=1613,"Tugbewo ƒe fia, afi ka wò lɔlɔ̃tɔ yi? Mɔ ka wò lɔlɔ̃tɔ to, ne míakpe ɖe ŋuwò adii? Nye lɔlɔ̃tɔ yi ɖe eƒe abɔ me; eyi atike ʋeʋĩwo ƒe bo dzi, ne wòatsa le wo me agbe dzogbenyawo. Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ; ele tsa ɖim le dzogbenyawo dome. Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene, ènya kpɔ abe Yerusalem ene, eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafoha siwo lé aflaga ɖe asi ene. Ɖe wò ŋku ɖa le ŋunye; wowu gbɔgblɔ nam, wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo ɖi tso Gilead to dzi la ene. Wò aɖuwo fu abe alẽha siwo tso tsileƒe ene. Wo katã wole zɔzɔm eveve, eye ɖeke metsi akogo o. Wò tonuƒui le dzedzem le moxevɔ me abe atɔtɔ si woma ɖe eve la ene. Fiasrɔ̃wo le blaade, ahiãviwo le blaenyi, hekpe ɖe ɖetugbi dzadzɛ siwo mele xexlẽme o la ŋuti; gake nye ahɔnɛ si de blibo si le tɔxɛ, dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃ɔ lae nye ame si nye dzila ƒe malɔ̃nulegbɔa. Ɖetugbiawo kpɔe, eye woyɔe be yayratɔ; fiasrɔ̃wo kple ahiãviawo hã kafui. Ame kae nye esi le dzedzem abe agudzedze ene, nyo abe ɣleti ene, le keklẽm abe ɣe ene, eye wòle zɔzɔm fiatɔe abe ɣletiviwoe le asaɖa bɔm ene? Meyi ɖe azitiwo te, ne makpɔ gbe fɛ̃ siwo le balime, ne makpɔe ɖa be wainkawo te tsetse alo yevuzitiwo ƒo se mahã. Hafi mava nya la, nye didi kplɔm yi ɖe nye dukɔ ƒe fia ƒe tasiaɖamwo dome. Trɔ va, trɔ va, O Sulamitɔ trɔ va, trɔ va, be míalé ŋku ɖe ŋuwò sẽe! Nu ka ta miebe míalé ŋku ɖe Sulamitɔ ŋu abe ale si miewɔna ne wole Mahanaim ɣe ɖum la ene?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/7-f0d28ce05552476fcd9270b157ef0c95.mp3?version_id=1613,"Wò, dumegã ƒe vinyɔnu, atokota dze afɔ na wò loo! Wò zɔzɔme le tɔxɛ abe dzonu vavã si aɖaŋuwɔla wɔ la ene. Wò agbɔgbɔnu sɔ tebee abe wainkplu si me wain si wotɔtɔ la mevɔna le o la ene. Wò alime keke abe bli si woli kɔe, eye dzogbenya ɖe to ɖee la ene. Wò nowo le abe sãdevi eve siwo nye zi ƒe evenɔviwo la ene. Wò kɔ le tsralɛ abe nyiɖuxɔ tsrala ene. Wò ŋkuwo le abe Hesbon ƒe tsita si le Bat Rabingbo nu la ene. Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsrala si dze ŋgɔ Damasko la ene. Wò ta le tegblẽe abe Karmel to ene, eye wò taɖa le abe fia ƒe avɔ si wotsɔ ka vovovowo lɔ̃e la ene. Eƒe dzedzeme ɖe aboyo fia la. Èdze tugbe ŋutɔ, eye wò nu hã nyoa ame ŋu. O lɔlɔ̃, wò nuwɔna ɖe sia ɖe doa dzidzɔ na nye dzi! Wò kɔkɔme le abe deti ene, eye wò nowo le toɖoe abe atikutsetse siwo le kpo ŋuti la ene. Megblɔ be, “Made deti la dzi, eye malé eƒe tsetsea ɖe asi.” Wò nowo nenɔ abe wainkpo siwo le wainka ŋu la ene, wò gbɔgbɔ naʋẽ lĩlĩlĩ abe aplu ene, eye wò nu me nenye wain nyuitɔ. Wain la neto nye lɔlɔ̃tɔ ƒe nu me kple eƒe aɖutame wɔlii. Menye nye lɔlɔ̃tɔ tɔ, eye eya hã ƒe dzi le yonyeme. Nye lɔlɔ̃tɔ, va; na míayi gbe me, eye míatsi kɔƒe me adɔ. Na míafɔ kaba ayi waingblewo me, akpɔe ɖa be wainkawo te tsetse, woƒe seƒoƒowo ke, eye gbotiwo hã le tsetsem mahã; le afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò. Adrikewo le ya ɖem nyuie, eye atikutsetse vivi vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu, eye medzra yeyeawo kple xoxoawo siaa ɖo na wò, nye lɔlɔ̃tɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/SNG/8-c95181a2d670c91a3fec765b42a0b53a.mp3?version_id=1613,"Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu si no danye ƒe no la ene! Ekema ne medo go wò le kpɔdome la, magbugbɔ nu na wò, eye ame aɖeke mado vlom o. Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno. Eƒe miabɔ le nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam. Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi: migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o, va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi. Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe, eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Menyɔ wò le apluti te; afi mae dawò fɔ wò fu le, afi mae ame si le ku lém la dzi wò ɖo. Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene. Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku, eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene. Ebina abe dzo ene, eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene. Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o, eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o. Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, anye alɔmeɖenu wòawɔ. Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe le mía si mekpɔ te no haɖe o. Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu la gbe si gbe woava bia eta? Nenye glie wònye la, míatsɔ klosalo atu xɔ tsrala ɖe edzi. Nenye agboe wònye la, míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo. Menye gli, eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene. Ale mele eƒe ŋkume abe ame si tsɔ dzidzeme vɛ la ene. Waingble le Solomo si le Baal Hamon; eye wòtsɔ agble la de asi na agbledzikpɔlawo, be wo dometɔ ɖe sia ɖe nana klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã ɖe waintsetseawo ta. Nye ŋutɔ nye waingble le asinye be matsɔ ana; O Solomo, klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã la nye tɔwò, eye kilogram eve kple afã nye agbledzikpɔlawo tɔ. Wò ame si le abɔwo me, eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã wò, na mase wò gbe! Nye lɔlɔ̃tɔ, si va, eye nànɔ abe sãde alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/1-eaa08dddb6a7bd82aa1d6ce968f630e9.mp3?version_id=1613,"Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli. Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie. Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene. Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe, alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o. Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/2-538cf4be39c9d4c0e024a69445cda6b1.mp3?version_id=1613,"Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom, eye amewo le nu dzodzrowo ɖom? Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu. Wole gbɔgblɔm be, “Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te, eye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.” Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu. Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be, “Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.” Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la; Yehowa gblɔ nam be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbea mezu fofowò. Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe. Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.” Eya ta mi fiawo, midze nunya, eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame. Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me kple dzodzo nyanyanya. Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/3-9a2e7e5ad0677c357fc22c4f2fa3b6a3.mp3?version_id=1613,"O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale! Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale! Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” Sela O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm; ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi. Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye. Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o. Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo. Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. Sela." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/4-0cf458b9003bc7b947f114a7d84d6ff7.mp3?version_id=1613,"Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa. O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe. Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe, eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa. Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli kple wain yeye do agbogbo na. Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/5-cdfb2ef7c1a7a8dd98235d16a2ca014e.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, ɖo to nye nyawo, eye nàse nye hũɖeɖe. Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na. O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe; le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me, eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ. Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o; wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o. Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o; elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã. Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo; Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo. Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ. Kplɔm, O! Yehowa, le wò dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta, eye wɔ wò mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me. Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o, woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ. Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene, eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe. O! Mawu, bu fɔ wo! Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi. Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò. Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ, eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee. Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi, ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò. O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/6-7314f45f65c3cdf438da5d486854a59b.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o. Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem. Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me? Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele. Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta. Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa. Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve. Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/7-cb7314c2cfb3d123e1df6e8f0e4200d9.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso, xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me. Ne menye nenema o la, woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene, eye woavuvum ʋayaʋaya, xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o. O! Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu, ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋuti alo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la, ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye; na be wòafanyam ɖe anyigba, eye wòana matsi ke me adɔ. Sela O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi. Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò. Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo; na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta. O! Mawu dzɔdzɔetɔ, ame si dzroa susuwo kple dziwo me, na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo. Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me. Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe. Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi, eye wòavu eƒe dati me. Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi, eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe. Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu, eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la, adzi beble ƒe vi. Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe si eya ŋutɔ ɖe la me. Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta, eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/8-5e7765d5e0b00899a6163f5fd425e6c9.mp3?version_id=1613,"O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame. Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la. Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la, Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ? Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ. Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te. Alẽhawo, nyihawo, gbemelãwo, dziƒoxeviwo, ƒumelãwo kple nu siwo katã ƒua tsi le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te. O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/9-bc7b44d0d8e7d77a465024ae9c317007.mp3?version_id=1613,"Makafu wò, O! Yehowa, kple nye dzi blibo, maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia. Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ. Nye futɔwo trɔ megbe; wokli nu, eye wo katã wotsrɔ̃ le ŋkuwò me. Elabena wòe xɔ nye nya, eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go. Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi, elabena èho woƒe duwo, eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o. Yehowa aɖu fia tegbetegbe; eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me; akplɔ dukɔwo katã le nuteƒewɔwɔ me. Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo. Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò, elabena wò Yehowa, megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o. Midzi kafukafuhawo na Yehowa, ame si nɔ fiazikpui dzi gli le Zion, miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome. Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o. O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa! Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me, be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta. Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔ woɖe la me; woƒe afɔwo ɖo ɖɔ si woawo ŋutɔ woɖo ɖi le bebeme la me. Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me, nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be. Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o. Tso, O Yehowa! Mègana amegbetɔ naɖu dzi o, na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me. O! Yehowa, ƒo wo ƒu anyi kple ŋɔdzi; na dukɔwo nanya be amegbetɔwo yewonye. Sela." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/10-5fbb8f280462c5a0ea646f780bfac596.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo? Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo? Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi, ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me. Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe; eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu. Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o. Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi, edoa eɖokui ɖe dzi, wò sewo didi tso egbɔ; eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta. Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o, makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.” Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu, eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te. Edea xa ɖe kɔƒewo xa; ewu ame maɖifɔwo le xame, eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme. Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae. Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé, woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te. Egblɔna na eɖokui be, “Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.” Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi. Mègaŋlɔ hiãtɔ be o. Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo? Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be, “Mayɔm be mana akɔnta o” ɖo? Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese; èbua eŋuti, eye asiwò me wole. Ame si le fukpekpe me la, tsɔa eɖokui dea asi na wò; elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo. Ŋe abɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla; yɔe ne wòana akɔnta tso nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔ ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti. Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me; dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi. O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi; ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo. Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta, ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/11-12ddbf6e4fe5120a7b2fe0d71fb77f72.mp3?version_id=1613,"Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be, “Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi? Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me; wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me. Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?” Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ. Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwo kple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ. Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome. Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/12-b11e3471c132d4c70cf5d0da0b27464c.mp3?version_id=1613,"Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o, eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome. Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame. Yehowa nelã beblenuyiwo katã kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi hegblɔna be, “Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo, míaƒe nuyiwo nye mía tɔ, ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?” Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.” Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene. Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me, eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome. O! Yehowa, àna míanɔ dedie, eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/13-e27d3a48088df67c2a4eef73eaac3d33.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem? Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu, eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me? Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye? Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me. Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi. Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti. Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui nam." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/14-518adb9a333a837f59d7109c04d1a8e3.mp3?version_id=1613,"Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o. Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo, be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome, eye wòdia Mawu vevie mahã? Wo katã wodze ɖe aga, wo katã tim wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o. Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa? Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame. Mi nu tovo wɔlawo, miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me, gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe. O! Xɔname ado tso Zion na Israel. Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la, na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/15-e442a0a13f078d9986f86944cb2c597a.mp3?version_id=1613,"Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi? Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae. Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o, ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o, ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti, ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ, gake megbea edziwɔwɔ o, ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o. Ame si wɔa nu siawo la, naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/16-3877efa3ae8bd711b7aaebc59bfd4556.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo. Megblɔ na Yehowa be, “Wòe nye nye Aƒetɔ; nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.” Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie. Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o. Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam. Liƒo ƒe dzidzeka la dze teƒe nyuiwo nam; le nyateƒe me la, domenyinu si do dzidzɔ nam la su asinye. Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam; le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num. Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o. Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me, elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o. Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/17-8ae346b86d30b4fb069621a62e534fdf.mp3?version_id=1613,"See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o. Afiatsotso nam netso gbɔwò, eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe. Togbɔ be èdzro nye dzi me eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me; ne èdom kpɔ hã la, màkpɔ naneke le menye o. Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o. Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la, metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be, nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o. Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo, eye nye afɔ meɖiɖi o. Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa. Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia, wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso, tso woƒe futɔwo ƒe asi me. Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene, eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te, ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me. Wotu woƒe ŋutasẽdziwo, eye wotsɔa woƒe nuwo gblɔa dadanyawoe. Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem, woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba. Wole abe dzata dɔwui si le nu dim be yealé, hele adeklo dzi le avekɔe me ene. O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo, he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi kple xexemetɔ siawo ƒe asi me, ame siwo ƒe fetu le agbe sia me. Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu; wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe, eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo. Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/18-71309659ddbcabcff017950d09803dbd.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò. Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ. Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me. Ku ƒe kawo blam, eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene. Tsiẽƒe ƒe kawo blam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. Meyɔ Yehowa le nye xaxa me; medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke, eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me. Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu; towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui. Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo. Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi, eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te. Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi. Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe. Lilikpo, kpetsi kple dzikedzo do tso eƒe mo ƒe keklẽ la me. Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe. Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo. Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã, eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu. Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta. Edo asi ɖa tso dziƒo lém, Heɖem tso tɔ goglowo me. Eɖem tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sesẽ wum akpa la ƒe asi me. Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe, gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ. Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa; eɖem, elabena nye nu nyo eŋu. Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta. Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi; nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o. Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o. Nyemeɖi fɔ le eŋkume o, eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ. Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta. Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla, eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o. Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza, eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu. Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui, ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi. Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim, eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli. Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me, eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli. Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee. Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe, ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa? Mawue nye nye mɔ sesẽ, Eyae na nye mɔ zu gbadzaa. Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene, eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo. Efia aʋawɔwɔ nye asiwo, eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli. Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò nuɖusi lém ɖe te. Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm. Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o. Meti nye futɔwo yome, eye metu wo. Nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃. Metsrɔ̃ wo be womagate ŋu afɔ gbeɖe o, ale wodze anyi ɖe nye afɔ nu. Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, Èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi. Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ, eye metsrɔ̃ nye futɔwo. Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo, gake ame aɖeke mexɔ na wo o, elabena Yehowa metɔ na wo o. Metu wo memie abe ʋuʋudedi si ya lɔ ɖe nu la ene, eye metrɔ wo ɖe mɔtata dzi abe anyi ene. Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la ƒe asi me, ètsɔm ɖo dukɔwo nu, eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo. Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume. Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me. Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo! Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam, eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te, ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me. Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta, eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me. O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome le esia ta, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la; eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David, eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/19-0b1a83fe7279f1ce7b7216c4ccd38a82.mp3?version_id=1613,"Dziƒo ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwo. Tso ŋkeke yi ŋkeke, wole Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kafum, eye tso zã yi zã, wole eƒe gãnyenye ɖem fia. Nuƒoƒo alo gbegbɔgblɔ aɖeke meli si me womese woƒe gbe le o. Woƒe gbe ɖina le anyigba dzi afi sia afi, eye woƒe nyawo dea xexea me ƒe mlɔenu ke gɔ̃ hã. Etu agbadɔ ɖe dziƒowo na ɣe, eye wòle abe ŋugbetɔsrɔ̃e le go dom tso eƒe agbadɔ me ene. Ele abe duƒula si le dzidzɔ kpɔm be wòalé eƒe mɔ atsɔ ene. Ɣe dzena tso dziƒo ƒe go ɖeka dzi, eye wòzɔna yia go kemɛ dzi, naneke meɣla ɖe eƒe dzoxɔxɔ o. Yehowa ƒe se la de blibo, enaa agbegbɔgbɔ luʋɔ! Yehowa ƒe ɖoɖowo le eteƒe, eye wonana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, wonana dzi kpɔa dzidzɔ. Yehowa ƒe sewo me kɔ, wonana ame dzea nunya. Yehowa ƒe sewo me kɔ; wonɔa anyi ɖaa. Yehowa ƒe sewo li ke sesĩe, eye ɖikeke aɖeke mele woƒe dzɔdzɔenyenye ŋu o. Woxɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ; wovivina wu anyitsi kple anyitsi si woɖe le anyito me. Wò sewo wotsɔ xlɔ̃ nu wò dɔlae, elabena viɖe gã geɖe le wo dzi wɔwɔ me. Ame kae ate ŋu ade dzesi nu gbegblẽ si wòwɔ? Tsɔ nye vodada siwo metsɔ ɣla la kem. Ɖe wò dɔla tso lɔlɔ̃nuwɔwɔ ƒe nu vɔ̃wo hã me; womaɖu dzinye akpɔ o. Ekema mazu fɔɖiɖi manɔŋutɔ, eye ŋutinye akɔ tso vodada gã me. Na be nye numenyawo kple nye dzi ƒe ŋugbledede nadze ŋuwò, O! Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/20-ff4afe695eb704e0f25e8e6b621e7d6a.mp3?version_id=1613,"Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me; Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla. Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion. Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela Nena nu si wò dzi di la wò, eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò. Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò. Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina, etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee. Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu. Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã. O! Yehowa, xɔ na fia la! Tɔ na mí ne míeyɔ wò!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/21-c2b50874662b0017e563da0fa827368b.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, fia la le dzidzɔ kpɔm le wò ŋusẽ me. Ale gbegbe wòle aseye tsom le dziɖuɖu gã siwo nènae la ta! Ètsɔ nu si eƒe dzi di la nɛ, eye nèwɔ nu siwo wòtsɔ eƒe nu bia la dzi nɛ. Sela Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ. Ebia agbe wò, eye nènae hedidi eƒe ŋkekewo tso mavɔ me yi mavɔ me. Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi. Vavã ènae yayra si nu meyina o, eye nèna dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotsoe le ŋkuwò me. Elabena fia la ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye le Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o ta la, mavɔ̃ akpɔ gbeɖe o. Wò asi alé wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo. Ne wò vavaɣi ɖo la, àwɔ wo abe kpodzo bibi ene. Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye eƒe dzo afia wo katã. Àtsrɔ̃ woƒe dzidzimeviwo ɖa le anyigba dzi, eye àtsrɔ̃ woƒe nunɔamesiwo ɖa le amegbetɔwo dome. Togbɔ be wole vɔ̃ ɖom ɖe ŋuwò, eye wowɔ ɖoɖowo be woasẽ ŋuta le ŋuwò hã la, madze edzi na wo o, elabena ne èdidi wò aŋutrɔ ɖe wo dzi la, woatrɔ ʋu me ade wò adzo. Ède ŋgɔ, O! Yehowa, le wò ŋusẽ me; eya ta míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/22-87b5891c9b3685e94869d8757aaa1d4f.mp3?version_id=1613,"Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ? O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke kple zã me; megale edzi ko, gake mètɔ nam o. Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli. Mewòe mía fofowo tsɔ woƒe xɔse dee, woka ɖe dziwò, eye nèɖe wo. Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo, dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o. Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o, elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom. Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be: “Eka ɖe Yehowa dzi, Yehowa neɖee míakpɔ. Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.” Ke wòe hem tso vidzidɔ me, eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò. Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò. Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tum, eye ame aɖeke meli axɔ nam o. Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem; Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm. Woke woƒe nuwo ɖe ŋunye baa abe dzata si le gbe tem hele nu si wòlé la vuvum ene. Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye. Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me. Avuwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo. Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo, amewo fɔ ŋku ɖe dzinye, eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti. Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi. Ke wò, O! Yehowa, mèganɔ adzɔge o; O! Nye ŋusẽ, va kaba nàɖem. Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me, eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me. Ɖem le dzatawo ƒe nu me, eye nàɖem le towo ƒe dzowo nu. Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, eye le amehawo dome, makafu wò. Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui! Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti! Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo! Elabena menyɔ ŋu alo do vlo ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o; meɣla eƒe mo ɖee o, ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu. Gbɔwòe nye kafukafuha si medzina le ameha gãwo dome la ƒe tanya tsona. Maxe nye adzɔgbeɖefewo le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume. Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee! Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume. Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ, eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la aɖu nu, eye woasubɔe; ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o, eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume. Dzidzimewo asubɔe, eye dzidzime siwo ava dzɔ la, woagblɔ nya na wo tso Aƒetɔ la ŋuti. Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na ame siwo meva dzɔ haɖe o, elabena eyae wɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/23-399648ca33f07946b582eafdfda1dc39.mp3?version_id=1613,"Yehowae nye kplɔnyela, eya ta naneke mahiãm o. Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo, eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe, hena nye luʋɔ gbɔ agbe. Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta. Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam. Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba. Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/24-38e661e29732b8f9675ba4cca1355814.mp3?version_id=1613,"Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ. Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli. Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la? Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o. Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, eƒe Ɖela la, atso afia nɛ. O! Yakob ƒe Mawu, aleae dzidzime si dia wò, eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme. Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae. O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme. Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/25-fa75c06df33f79f0ce0db7816dc4fcc1.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na. O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo. Mègana ŋu nakpem, alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o. Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la, ŋu makpee akpɔ gbeɖe o; gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo. O! Yehowa, fia wò mɔwo kple wò toƒewom, kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num, elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela, eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã. O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃ kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi, elabena woli tso blema ke. O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo kple nye aglãdzemɔwo dzi o; ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta, elabena nyuiwɔwɔ le mewò. Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe, eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo. Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wòfiaa eƒe mɔ wo. Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi. O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada sɔ gbɔ ale gbegbe hã la, tsɔ wo kem le wò ŋkɔ la ta. Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi. Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me, eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome. Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo. Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa, elabena eya koe aɖe nye afɔ le mɔ me. Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye, elabena metsi akogo, eye hiã tum. Nye dzi ƒe nuxaxawo do gã ɖe edzi, na vovom tso nye vevesesewo me. Nye kɔ nàkpɔ nye nuxaxa kple nye vevesese ɖa, eye nàɖe nye nu vɔ̃wo katã ɖa. Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa, eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa! Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem; megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo. Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye, elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò. O! Mawu, ɖe Israel tso woƒe xaxawo katã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/26-d29709e533d850b4086f1e3f2320fe4e.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o. O! Yehowa, lolom, dom kpɔ; eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me, elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi. Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome, alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o. Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ, eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o. Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa, hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia. O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le. Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti, ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le, eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o. Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam. Nye afɔ le sɔsɔeƒe. Makafu Yehowa le takpekpe gã la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/27-08858fce49d181372b21317f30cab010.mp3?version_id=1613,"Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam? Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum, ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la, woakli nu adze anyi. Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la, nye dzi mavɔ̃ o, togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la, azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye. Nu ɖeka mebia Yehowa, esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me le nye agbemeŋkekewo katã me, ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu, eye madii le eƒe gbedoxɔ me. Elabena le xaxaɣiwo la, atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me; aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi. Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa. O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò; kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam. Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi. Mègaɣla wò ŋkume ɖem o, mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ. O! Mawu, nye Ɖela, mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o. Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi hã la, Yehowa axɔm. O! Yehowa, fia wò mɔwom; kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi, le ame siwo tem ɖe to la ta. Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o, elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe ame siwo lɔ ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti. Esia nye nu si dzi meka ɖo la be: Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Kpɔ mɔ na Yehowa; sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo. Kpɔ mɔ na Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/28-d74e51a9b53fad69a8518b9152fad3bf.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele, mègado tokum o. Elabena ne èzi ɖoɖoe la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene. Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la, se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ, ne meyɔ wò be nàxɔ nam. Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ, gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me. Ɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔnawo kple woƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo ta. Xe fe na wo ɖe nu si woƒe asiwo wɔ la nu, eye nàgbugbɔ tohehe si wodze na la ahe va wo dzii. Esi womede bubu Yehowa ƒe nuwɔnawo kple eƒe asinudɔwo ŋuti o ta la, àgbã wo aƒu anyi, eye màgbugbɔ wo atu akpɔ gbeɖe o. Woakafu Yehowa, elabena ese ɣli si dom mele le nublanuikpɔkpɔ biam. Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me. Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ; ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina. Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/29-6e66ae03c3712ea099a4d97ae9229167.mp3?version_id=1613,"Mitsɔ bubu na Yehowa, O! Mi ŋusẽtɔwo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa. Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze Yehowa ƒe ŋkɔ nɛ; misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me. Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi; Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe, eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi. Ŋusẽ le Yehowa ƒe gbe ŋu, eye ŋutikɔkɔe nye Yehowa ƒe gbe. Yehowa ƒe gbe ŋe Lebanon ƒe sedatiwo. Ena Lebanon ti kpo abe nyivi ene, eye Sirion hã abe tovi ene. Yehowa ƒe gbe ke dzo mia abe dzikedzo ene. Yehowa ƒe gbe ʋuʋu dzogbenyigba, eye Yehowa ʋuʋu Kades Dzogbenyigba. Yehowa na gboti sesẽwo ʋuʋu heyeheye, eye wòna avewo lũ xɛ. Le eƒe gbedoxɔ me la, ame sia ame do ɣli be, “Ŋutikɔkɔe!” Yehowa nɔ eƒe fiazikpui dzi gli le tsiɖɔɖɔ dzi. Woɖo Yehowa fia tso mavɔ me yi mavɔ me. Yehowa naa ŋusẽ eƒe dukɔ; eye wòyraa eƒe amewo kple ŋutifafa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/30-453de9412f7b1a54879f880f49605ea4.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o. O! Yehowa, nye Mawu, mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm. O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, eye mèna meyi aʋlime o. Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. Avifafa anɔ anyi le zã me, gake aseyetsotso ava le ŋdi me. Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, “Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.” O! Yehowa, esi nève nunye la, èna nye to li ke zã, gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la, nye mo tsi dãa. Yehowa, wòe meyɔ, Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam. “Viɖe kae le eme ne donyeme gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa? See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui; O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.” Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam, ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. O! Yehowa, nye Mawu, mada akpe na wò tegbetegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/31-08e279d1ab48f786758e71b68e58a098.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mewòe mebe ɖo; mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o; ɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta. Ƒu to anyi ɖe ŋunye, va kaba nàɖem, nànye nye xɔxɔ ƒe agakpe kple mɔ sesẽ ne nàɖem. Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ. Ɖem le mɔ si woɖo ɖi nam la me, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ. Asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ de, eya ta Yehowa, nyateƒe ƒe Mawu, va nàɖem. Metsri ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu; ke nye la meku ɖe Yehowa ŋu. Makpɔ dzidzɔ, eye matso aseye le wò lɔlɔ̃ la me, elabena èkpɔ nye hiã henya nye luʋɔ ƒe nuxaxa. Mètsɔm de asi na nye futɔ o, ke boŋ èɖo nye afɔ gbadzaƒe. O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nye dzi ʋu dzo, nuxaxa na nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ, eye konyifafa na nye luʋɔ kple ŋutilã gbɔdzɔ. Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me, eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me. Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta, eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam. Le nye futɔwo ƒe nuwɔnawo ta mezu alɔmeɖenu na nye aƒelikawo vevie ŋutɔ. Mezu ŋɔdzinu na xɔ̃nyewo, eye ame siwo do gom le mɔtata dzi la sina le nunye. Woŋlɔm be abe ɖe meku xoxo ene, ale mezu ze gbagbã. Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo; ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye, eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa. Ke wò, Yehowa, dzie meka ɖo; megblɔ be, “Wòe nye nye Mawu.” Nye ɣeyiɣiwo le asiwò me; ɖem tso nye futɔwo kple ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me. Na wò mo naklẽ ɖe wò dɔla dzi, ɖem le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. O! Yehowa, mègana ŋu nakpem o, elabena wòe medo ɣli na; ke na ŋu nakpe ame vɔ̃ɖiwo, eye ɖoɖoe nazi le wo nu le yɔme. De ga nu na woƒe alakpanuyiwo, elabena wotsɔa dada kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu. Wò nu nyui siwo nèdzra ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃a wò la lolo ŋutɔ. Nu nyui siwo nèkɔ ɖe ame siwo si wò tso dzi le amewo ƒe ŋkume la lolo. Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò, tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ. Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ. Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe nukulɔlɔ̃ la fiam le esime mele du si ŋu woƒu kpo ɖo la me. Megblɔ le nye dzikatsoƒo me be: “Woɖem ɖa le wò ŋkume azɔ!” Ke hã la, èse nye nublanuiɣlidodo esi meyɔ wò be nàxɔ nam. Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo! Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta, ke eɖoa eteƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ dea woƒe nuwɔnawo nu. Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã tsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/32-02757122c823aa949cdf4011f3297fef.mp3?version_id=1613,"Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi. Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o, eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o. Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. Sela Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o. Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò. Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o. Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la. Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/33-4fabb18aaf299f899a1f783c039d2654.mp3?version_id=1613,"Midzi ha kple dzidzɔ na Yehowa, mi ame dzɔdzɔewo; edze mi ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la be woakafui. Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi. Midzi ha yeye nɛ; miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli. Elabena Yehowa ƒe nya nye nyateƒe, eye wòto mɔ ɖeka; etoa nyateƒe le nu siwo katã wòwɔna la me. Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ; anyigba yɔ fũu kple eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o. Yehowa ƒe nya wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe numegbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋuti nuwoe. Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo. Anyigba katã nevɔ̃ Yehowa, eye xexemetɔwo katã nede bubu eŋu. Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ. Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me, eye wòtɔtɔ anyigbadzitɔwo ƒe ɖoɖowo. Ke Yehowa ya ƒe ɖoɖowo nɔa anyi maʋamaʋãe ɖikaa, eye eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime. Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome. Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke, eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã. Ele eƒe nɔƒe ke hekpɔ ame siwo katã le anyigba dzi, eya ame si wɔ ame sia ame ƒe dzi, eye wòléa ŋku ɖe nu sia nu si wowɔna la ŋu. Aʋakɔ gbogbo si le fia aɖe si la mate ŋu aɖee o, eye ŋusẽ triakɔ hã meɖea kalẽtɔ o. Ne eɖo ɖeɖe dzi la, sɔ maɖe ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi o, togbɔ be ŋusẽ triakɔ le esi hã la, mate ŋu aɖee o. Ke Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi, be wòaɖe wo tso ku ƒe asi me, eye wòana woatsi agbe le dɔŋɔli. Míele lalam le mɔ kpɔm na Yehowa, eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu. Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm le eya amea me, elabena mieka ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi. O! Yehowa, na wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la, nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/34-1e51c3dde43330cd4051df51a4e4e02b.mp3?version_id=1613,"Mado Yehowa ɖe dzi ɣe sia ɣi; eye eƒe kafukafu anɔ nye nu me ɖaa. Nye luʋɔ aƒo adegbe le Yehowa me, ame siwo le veve sem la nesee ne woakpɔ dzidzɔ. Mido kɔkɔ Yehowa kplim; mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi. Meyɔ Yehowa, eye wòtɔ nam heɖem tso nye vɔvɔ̃wo katã me. Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ, ŋukpe matsyɔ mo na wo o. Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me. Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo. Miɖɔe kpɔ, ne miakpɔe be Yehowa ƒe dɔ me nyo; woayra ŋutsu si be ɖe eya amea me. Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena naneke mehiãa ame siwo vɔ̃nɛ la o. Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o. Miva, vinyewo, miɖo tom, ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi. Mia dometɔ siwo lɔ̃ agbe, eye miedi be miakpɔ ŋkekenyui geɖewo la, mikpɔ miaƒe aɖewo dzi nyuie tso vɔ̃ ŋuti, eye miaƒe nuyiwo tso aʋatsokaka ŋuti. Mite ɖa le vɔ̃ gbɔ, eye miawɔ nu nyui, midi ŋutifafa, eye miati eyome. Yehowa ƒe ŋku le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo be wòaɖe wo ɖa le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ o. Ame dzɔdzɔewo do ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me. Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòɖea ame siwo ƒe gbɔgbɔ wogbã ƒu anyi. Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me; ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, eye womaŋe wo dometɔ aɖeke o. Dzɔgbevɔ̃e awu ame vɔ̃ɖi, eye woabu fɔ ame dzɔdzɔewo ƒe futɔwo. Yehowa ɖea eƒe dɔlawo, eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/35-40f73aed27b51c865dd76233afaf4979.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, wɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kplim; wɔ aʋa kple ame siwo le aʋa wɔm kplim. Tso, tsɔ akpoxɔnu kple wò akɔtatsyɔnu, eye nàxɔ nam. Tsɔ akplɔ nueveetɔ kple nuɖekɛtɔ ɖe yonyemetilawo ŋuti. Gblɔ na nye luʋɔ be, “Nyee nye wò xɔname.” Ame siwo le nye agbe yome tim la, ŋukpe kple vlododo nelé wo, eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la, gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi. Wonenɔ abe bli ƒe atsa si ya lɔ ɖe nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla nenya wo ɖe du nu; woƒe mɔ dzi nedo viviti, ahanɔ ɖiɖim, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome. Esi nyemewɔ naneke wo o, gake woɖo ɖɔ ɖi nam, eye woɖe ʋe ɖi nam ta la, gbegblẽ neƒo ɖe wo dzi kpoyi, ɖɔ si woɖo nam la neɖe woawo ŋutɔ, eye woage dze ʋe si woɖe ɖi nam la me aƒaƒã ɖe afi ma. Ekema nye luʋɔ atso aseye le Yehowa me, eye wòadzɔ dzi le eƒe xɔname ŋuti. Nye ameti blibo la katã mado ɣli be, “O! Yehowa, ame kae sɔ kpli wò? Wò ame si ɖe ame beliwo tso ame siwo sesẽ wu wo la ƒe asi me, eye nèɖe hiãtɔwo kple ame dahewo tso ame siwo ha wo la ƒe asi me.” Ɖasefo ŋutasẽlawo zɔ va ŋgɔgbe, eye wobia biabiam tso nu siwo ŋuti nyemenya naneke le o. Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wogble nye luʋɔ ɖe nuxaxa me. Gake ne wodze dɔ la, metaa akpanya, eye metsɔa nutsitsidɔ bɔbɔa ɖokuinyee. Ne womeɖo nye gbedodoɖa ŋuti nam o la, menɔa yiyim kpokpokpo le nuxaxa me abe xɔ̃nye alo nɔviŋutsu fam mele ene. Medea mo to abe danye ƒe ku fam mele ene. Gake ne mekli nu la, woƒoa ƒu koa nu hahaha, eye ne mele vo me la, futɔwo va ɖea to ɖem. Woɖea alɔme le ŋunye madzudzɔmadzudzɔe. Woɖua fewu le ŋunye vevesesetɔe, eye woɖua aɖukli ɖe ŋunye abe mawumavɔ̃lawo ene. O! Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ te akpɔ wo ase ɖo? Ɖe nye agbe tso woƒe nu gbegblẽwo me, ɖe nye agbe xɔasi tso dzata siawo ƒe asi me. Ekema mada akpe na wò le ameha gã la dome, eye makafu wò le ame gbogbowo dome. Mègana ame siwo nye nye futɔwo la nakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋunye yakatɔe o, eye mègana ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la nate ŋku ɖem kple vevesese o. Womeƒoa nu ŋutifafatɔe o, ke boŋ woɖoa alakpa ƒe amenutsonyawo ɖi ɖe ame siwo le anyigba dzi kpoo la ŋuti. Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.” O! Yehowa, èkpɔ esia, eya ta mègazi ɖoɖoe o. O! Aƒetɔ, mèganɔ adzɔge nam o. Nyɔ, tso nàʋli tanye! Wɔ avu ɖe nunye, nye Mawu kple nye Aƒetɔ. Tso afia nam le wò dzɔdzɔenyenye la ta, O! Yehowa, nye Mawu, mègana woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye o. Mègana woabu be, “Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o. Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o. Ame siwo katã le dzidzɔ kpɔm tso nye xaxa ŋuti la, ŋukpe nelé wo, eye woatɔtɔ; na be ame siwo kɔ wo ɖokuiwo dzi ɖe ŋutinye la nata ŋukpe kple vlododo abe avɔ ene. Ke ame siwo dzɔ dzi be nètso afia nam la nedo dzidzɔɣli kple aseyetsoɣli. Wonenɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Woado Yehowa, ame si dzɔa dzi le eƒe dɔla ƒe dedinɔnɔ ŋu la ɖe dzi.” Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye wòadzi wò kafukafuha ɖaa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/36-2bc399ba857d5f60e77bc8c47b4654ec.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe gbedeasi aɖe le nye dzi me tso ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋuti. Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele woƒe ŋkuwo me o. Elabena le eya ŋutɔ ŋkume, wòvivi nu me na eɖokui ale gbegbe be mete ŋu kpɔ eƒe nu vɔ̃ dze sii alo wòagbe nu le egbɔ o. Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi, henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ. Eɖoa nu vɔ̃ɖi le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui dea asi na nu si nye vɔ̃, eye megbea nu si nye nu gbegblẽ o. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke. Wò dzɔdzɔenyenye le abe to gãwo ene, eye wò afiatsotso le abe tɔ goglo ene. O! Yehowa, èkpɔa amegbetɔwo kple lãwo siaa ta. Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo! Ame siwo ŋuti bubu le kple ame siwo ŋuti mele o, le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe le wò aʋala ƒe vɔvɔli te. Wò aƒemenu gbogboawo nye nuɖuɖu na wo, eye nènaa tsi wo wonona tso wò dzidzɔtɔsisi la me. Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le, eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le. Yi edzi nàɖe wò lɔlɔ̃ afia ame siwo nya wò, eye nàɖe wò dzɔdzɔenyenye afia ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka. Dadalawo megaɖo afɔ dzinye, alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o. Kpɔ ale si nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe anyigbae ɖa; wotutu wo ƒu anyi, eye womete ŋu fɔ o!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/37-8afb1b2f69316e5a8706b87e441f53b8.mp3?version_id=1613,"Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta, alo aʋã ŋu nu tovo wɔlawo o elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene, eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe. Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me. Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nu siwo wò dzi di la wò. Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me; ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò. Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene. Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o. Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe, ŋɔ megadzi wò o, elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii. Woatsrɔ̃ ame vlowo gake ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de Yehowa me la, anyi anyigba la ƒe dome. Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o. Ke ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome, eye dzi adzɔ wo le ŋutifafa gbogbo la ta. Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti. Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom, elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna. Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi, eye wohe woƒe dati me be woada hiãtɔ kple ame dahe aƒu anyi, eye woawu ame siwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka. Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo, eye woƒe datiwo aŋe. Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔewo si la nyo wu kesinɔnu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖiwo si, elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ, ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te. Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o la ƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe. Le ŋkeke vɔ̃wo dzi la, womalũ xɛ o; le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya. Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃. Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene, woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi, woabu abe dzudzɔ ene. Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o, ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa. Ame siwo Yehowa yra la anyi anyigba la ƒe dome, ke ame siwo wòƒo fi de la, woaɖe wo ɖa. Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la, elia ke eƒe afɔɖeɖewo; ne ekli nu hã la, madze anyi o elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te. Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi, gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo, alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o. Woawo boŋ vea ame nu ɣe sia ɣi, eye wodoa nugbana na amewo faa; eya ta wo viwo axɔ yayra. Tsri nu vɔ̃ɖi, eye nàwɔ nyui ekema ànɔ anyigba dzi tegbetegbe. Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo. Ame dzɔdzɔe anyi anyigba la ƒe dome, eye wòanɔ edzi tegbee. Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me, eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe. Eƒe Mawu ƒe se le eƒe dzi me, eya ta eƒe afɔ meɖiɖina o. Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo, eye wole woƒe ku dim; gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te, alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o. Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu, eye nàlé eƒe mɔ ɖe asi. Ado wò ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome. Ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe. Mekpɔ ame vɔ̃ɖi, ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuie abe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene. Gake eteƒe medidi o ko, enu va yi, eye megali o; togbɔ be medii hã la, nyemeke ɖe eŋuti o. Bu ame maɖifɔ la ŋu, eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã. Ke woatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo katã, eye woaɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa. Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ, eye eyae nye woƒe mɔ sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me. Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye wòkpena ɖe wo ŋu, elabena eyae wosi tso." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/38-295c775d682556ebe87cc37a8ca7af80.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me, alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o, elabena wò aŋutrɔwo ƒo ɖem, eye wò asi sẽ ɖe dzinye. Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o; nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta. Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si nyemate ŋu atsɔ o la ene. Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta. Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m, eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me. Vevesese manyagblɔ aɖe xɔ nye ame blibo la me, eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o. Megbɔdzɔ, hegba gudugudu, eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta. O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me, eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o. Nye dzi le tsotsom kpokpokpo, ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o. Le nye abiawo ta, xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam, eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam. Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu. Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene, eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene. Mele abe ame si mesea nu o la ene kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene. O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm, O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo. Elabena megblɔ be, “Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye, alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o.” Esusɔ vie ko madze anyi, eye nye vevesese la le edzi ɖaa. Meʋu nye dzidada me, eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam. Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo, eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ. Ame siwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la ƒo ɖi nye ŋkɔ, esi meti nu si nyo la yome. O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o, O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o. Va kaba, nàɖem, O! Aƒetɔ, nye Ɖela." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/39-b8b407d8bfe6b901883c3e36722877fc.mp3?version_id=1613,"Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.” Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo, eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la, nye vevesese do ga ɖe edzi. Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam; esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi; tete meƒo nu kple nye aɖe. “O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam; eye na manya ale si nye agbe le du dzii. Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela “Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o. “Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò. Ɖem tso nye vodadawo katã me, eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o. Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o, elabena wòe wɔ esia. Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa; wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba. Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta; ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene, ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. Sela. “O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene. Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi, eye nyemaganɔ anyi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/40-dd350947c13bad5b47680c795107e593.mp3?version_id=1613,"Mele mɔ kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me; etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo. Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me, eye wòɖem tso ba finyafinya me, hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo. Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu, alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o. O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa. Mèdi vɔsa kple nunana, alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o, ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe, eya ta meɖo ŋu be, “Nyee nye si meva; agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye. Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.” O! Yehowa, meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gã la dome, eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o. Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o, ke boŋ meƒo nu le wò nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti. Nyemeɣla wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe la ɖe ameha gã la o. O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o, ke boŋ na be wò lɔlɔ̃ kple wò nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa, elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem, nye nu vɔ̃wo wu tsɔtsɔ nam eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o. Wosɔ gbɔ wu nye taɖa, eye dzi ɖe le ƒonye. O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàɖem. Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la; woƒe mo netsi dãa, eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be, “Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo. Ke ame siwo katã dia wò la akpɔ dzidzɔ, eye woatso aseye akpɔ dzidzɔ le mewò. Ame siwo lɔ̃a wò ɖeɖe la negblɔ ɖaa be, “Mido Yehowa ɖe dzi!” Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/41-5244398d9e7b00eacf3b15b824d80f84.mp3?version_id=1613,"Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi. Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta. Yehowa ayrae le anyigba dzi, eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o. Yehowa anɔ kplii le dɔba dzi, eye wòana lãmesesẽe, afɔe tso dɔba dzi. Megblɔ be, “O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.” Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be, “Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?” Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ. Nye futɔwo katã le dalĩ dom le ŋutinye, eye wole nu vɔ̃ɖiwo susum tso ŋutinye le gbɔgblɔm be, “Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze edzi, magatso le afi si wòmlɔ la akpɔ gbeɖe o.” Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye. O! Yehowa, ke wò ya kpɔ nye nublanui, kɔm ɖe dzi be maɖo teƒe na wo. Menya be èkpɔ ŋudzedze le ŋutinye, elabena nye ketɔ meɖu dzinye o. Le nye nuteƒewɔwɔ ta la, èlém ɖe asi, eye nètsɔm ɖo wò ŋkume tegbetegbe. Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me. Neva eme, ɛ̃, neva eme." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/42-52840bbf658cbc8c8b15b2de3dc2b869.mp3?version_id=1613,"Ale si zinɔ ƒe ve me ƒunae ɖe tɔʋuwo ŋu la, O! Mawu, nenemae nye luʋɔ le diwòm. Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu? Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?” Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ. O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu. Nye luʋɔ le nu xam le menye, eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi, le Hermon tame ke kple Mizar to dzi. Tɔ goglo yɔa tɔ goglo le wò tsitsetsewo ƒe howɔwɔ me; wò tsitsotsoewo kple tsi kpakawo ŋe tsyiɔ dzinye. Le ŋkeke me la, Yehowa ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ɖem, le zã me la eƒe ha nɔa nunyeme, eye wònyea gbedodoɖa na nye agbe ƒe Mawu la. Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be, “Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?” Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?” O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/43-019630340168566e09f68e5db912629b.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, tso afia nam, eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me. Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo? Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm; na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna. Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku. O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/44-6a5a41039a40bf2bead7faa429d704d1.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, míawo ŋutɔ míesee kple míaƒe towo, nu siwo mía fofowo gblɔ na mí tso nu siwo nèwɔ na wo le woƒe ɣeyiɣiwo me le blema. Ètsɔ wò asi nya dukɔwo, eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe. Ègbã dukɔwo gudugudu, ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi. Anyigba mesu wo si to woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo, alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o, ke boŋ wò nuɖusi, wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo, elabena èlɔ̃ wo. Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob. To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe, eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi. Nyemeɖo ŋu ɖe nye aŋutrɔ ŋu o, eye nye yi mehe dziɖuɖu vɛ nam o, ke boŋ èna míeɖu míaƒe ketɔwo dzi, eye nèna ŋukpe lé míaƒe adikatɔwo. Míetsɔ Mawu ƒo adegbe ŋkeke blibo la, eye míakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. Sela Ke azɔ la, ègbe mí, eye nèbɔbɔ mí ɖe anyi; azɔ la, mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o. Èna míegbugbɔ ɖe megbe le míaƒe futɔwo ŋgɔ, eye míaƒe ketɔwo ha mí. Ètsɔ mí na be woavuvu mí abe alẽwo ene, eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome. Ètsɔ wò dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o. Ètsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple nu ɖikokoe na ame siwo ƒo xlã mí. Ètsɔ mí wɔ lodonu le dukɔwo dome, eye amewo ʋuʋua ta ɖe mía ŋu ne wokpɔ mí. Nye vlododo le ŋkunye me ŋkeke blibo la, eye ŋukpe tsyɔa mo nam, ne vlodolawo, fewuɖulawo le nunye ɖiam, elabena futɔ la ɖoe kplikpaa be yeabia hlɔ̃m. Togbɔ be míeŋlɔ wò be, alo da alakpa le wò nubabla la me o hã la, èna nu siawo katã va mía dzi. Míaƒe dziwo metrɔ le yowòme o, eye míaƒe afɔwo hã metra le wò mɔ dzi o. Gake ègbã mí gudugudu hegble mí ɖe amegaxiwo dome, eye nètsɔ viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi. Nenye ɖe míeŋlɔ míaƒe Mawu ŋkɔ be, alo ke míaƒe abɔwo na dzromawu aɖe la, ɖe Mawu manya esi wònya dzimenu ɣaɣlawo katã oa? Gake le tawò la, míekpɔa ku ŋkeke blibo la, eye wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene. Nyɔ, O Aƒetɔ! Nu ka ta nèle alɔ̃ dɔm ɖo? Fɔ! Mègagbe mí ɖikaa o. Nu ka ta nèɣla wò mo, eye nèŋlɔ míaƒe hiãkame kple teteɖeanyi be ɖo? Wohe mí ƒu ke me, eye míaƒe ŋutilã lé ɖe anyigba. Tso, nàxɔ na mí, ɖe mí le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/45-18c5d3e1f509a94d5b150d8f3dac96a2.mp3?version_id=1613,"Nya nyuiwo le fiefiem le nye dzi me esi mele ha sia kpam na fia la, eye nye aɖee nye nuŋlɔla adodoea ƒe nuŋlɔti. Èdze ɖeka wu ŋutsuwo katã, wotsɔ amenuveve si ami na wò nuyi, elabena Mawu yra wò tegbee. O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali, eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata. Do sɔ dziɖuɖutɔe le wò fianyenye me. Le nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me, na wò nuɖusi naɖe wò nuwɔwɔ dziŋɔwo afia. Na wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo naŋɔ fia la ƒe futɔwo ƒe dzi, eye na dukɔwo nadze anyi ɖe wò afɔ nu. O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ. Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nètsri nu vɔ̃ɖi wɔwɔ; eya ta Mawu, wò Mawu la ɖo wò nèkɔ gbɔ fia bubuwo ta to dzidzɔkpɔkpɔ ƒe amisisi na wò me. Kotoklobo, lifi kple atike ʋeʋĩ le ya ɖem le wò awuwo me. Kasaŋkuwo na nèle aseye tsom le wò nyiɖufiasawo me. Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome, eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime. O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi. Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be. Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ, eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ. Tiro vinyɔnu atsɔ nunana vɛ, eye ŋutsu kesinɔtɔwo ava bia amenuveve tso gbɔwò. Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me; eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ. Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka, eye wokplɔe va fia la gbɔe; eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo, eye wokplɔ wo vɛ na wò. Wokplɔ wo ge ɖe eme le dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso me, ale woge ɖe fiasã la me. Mía viŋutsuwo axɔ ɖe mía fofowo teƒe, eye míawɔ wo fiaviwo le anyigba la katã dzi. Mana woaɖo ŋku dziwò le dzidzimewo katã me, eya ta dukɔwo akafu wò tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/46-11c780d30349e096383fa9d1dc44e6d9.mp3?version_id=1613,"Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ, xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me. Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o, ne towo ho ɖadze atsiaƒu me, eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu, ale be towo dzo kpekpekpe le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o. Sela Tɔsisi aɖe li, esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna. Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o. Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti. Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu; ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa, miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa. Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo. “Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome, eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/47-8a148aae624d1e64097eab4a32a4fcf8.mp3?version_id=1613,"Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli. Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi! Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te. Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. Sela Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi. Midzi kafukafuhawo na Mawu, midzi kafukafuhawo; midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, midzi kafukafuhawo, elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ. Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi. Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/48-f37135c2bd89bf9026d76a3e8c3c1bfd.mp3?version_id=1613,"Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi. Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe, eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la. Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene. Mawu le eƒe fiasãwo me, eye wòɖe eɖokui fia abe eƒe mɔ sesẽ ene. Fiawo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, hezɔ ɖe edzi ɖekae, ke esi wokpɔe la, woƒe nu ku, ŋɔdzi lé wo eye wosi dzo. Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. Egbã wo gudugudu abe ale si ɣedzeƒeya gbã Tarsis tɔdziʋuwo ene. Abe ale si míese ene la, nenemae míekpɔe le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la kple míaƒe Mawu la ƒe du mee. Mawu na wòanɔ dedie tegbetegbe. Sela O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu le wò gbedoxɔ me. O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me. Zion to kpɔ dzidzɔ, eye Yuda ƒe kɔƒewo le aseye tsom le wò afiatsotso ta. Mizɔ Zion to la ŋu godoo, mizɔ ƒo xlãe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo, ne miakpɔ kpo si woƒo ɖe eƒe gliwo ŋu. Mikpɔ eƒe fiasãwo nyuie ne míatsɔe atu xoe na dzidzime si gbɔna, elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/49-460dd246b4a99008c765c4a9069ffc3e.mp3?version_id=1613,"Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia; mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi, mi ame dzodzrowo kple amegãwo, ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa. Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo, eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ. Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu, eye mato adzo kple nye kasaŋku. Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va, ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm, ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu, eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo? Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbe alo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o. Agbeƒlega menye ga sue o, eye ga home aɖeke made enu be amea nanɔ agbe tegbee, eye makpɔ ku o. Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna; bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na, eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo. Togbɔ be anyigbawo le wo si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la, woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee, eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime. Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene. Esia nye nu si dzɔna ɖe ame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi. Aleae wòanɔ na wo yomedzela siwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. Sela Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye woanye nuɖuɖu na ku. Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi, woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me, eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ. Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me, eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. Sela Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la, megawɔ moya na wò o, ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o, elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o, eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o. Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra, eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la, ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzime si magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o. Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/50-1a9045996abcccf5c32b4e172c69bba1.mp3?version_id=1613,"Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to. Mawu klẽ tso Zion le eƒe anidzedze blibo la me. Míaƒe Mawu la gbɔna, ahom le tutum le eŋgɔ, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o. Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ, “Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam, ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.” Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela “See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge, O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò, elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la. Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o. Nyemehiã nyitsu tso wò nyikpo me, alo gbɔ̃wo tso wò gbɔ̃kpo me o, elabena avemelãwo katã tɔnye wonye, kple nyi siwo le togbɛ akpewo dzi. Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi, eye nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le gbe me la tɔnyee wonye. Ne dɔe le wuyem la, nyemagblɔe na wò o, elabena xexea me kple nu siwo katã le eme la nye tɔnye. Ɖe meɖua nyilã alo noa gbɔ̃wo ƒe ʋua? “Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu, eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la. Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.” Ke Mawu le gbɔgblɔm na ame vɔ̃ɖi la be: “Mɔ ka nèkpɔ be nàxlẽ nye sewo afia, alo alé nye nubabla la ɖe nu? Wò la èlé fu nye nufiame, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbe. Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii, eye nèdea ha kple ahasitɔwo. Nya vlowo doa go le nuwò, eye wò aɖe blea ame. Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu, eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu. Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe, eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene, gake maka mo na wò, eye mado asi ɖe mo na wò. “Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o. Ame si na akpedavɔsa la, de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/51-91c3d6f813f25698d44f4ac0e3c506ef.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa. Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me. Elabena menya nye dzidadawo, eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa. Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe. Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo. Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina; èfia nunyam le ememe ke. Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi; le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala. Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ. Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo, eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa. O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye. Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume, alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o. Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye, eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi. Ekema mafia wò mɔwo dzidalawo, eye nu vɔ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò. O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me, wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha le wò dzɔdzɔenyenye ŋu. O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu. Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na wò; numevɔsa hã medoa dzidzɔ na wò o. Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã. O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o. Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu, eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te. Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò, ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/52-c890581cce8035b7a758a0d1aa46907d.mp3?version_id=1613,"Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ? Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la, wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume? Wò aɖe le gbegblẽ ɖom; èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ. Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui, èlɔ̃ alakpa wu nyateƒetoto. Sela O! Wò alakpaɖe, èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko! Vavã, Mawu hã aƒu wò anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me. Mawu ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me, aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃; woakoe ahagblɔ be, “Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o, ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!” Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene. Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta; matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me, elabena wò ŋkɔ nyo. Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/53-2814fc6a956d8517cbb027166276282b.mp3?version_id=1613,"Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o. Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo, ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã. Ke ame sia ame trɔ megbe dee, wo katã tim wɔ nu tovo; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ hã meli o. Ɖe ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea? Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o. Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la; ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo. O! Xɔname neva tso Zion na Israel! Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la, Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/54-23ce537c219a09140d5ef5c87e81a0a9.mp3?version_id=1613,"Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ, tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam. O! Mawu, se nye gbedodoɖa, eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu. Amedzrowo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ti nye agbe yome, ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela Mawu nye nye xɔnametɔ vavã, Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi. Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi, tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta. Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò, O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo. Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/55-c49a37ce08d0f007703b468e7bec393d.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa, mègado toku nye kokoƒoƒo o. Ɖo tom, eye nàtɔ nam. Nye tamesusuwo ɖea fu nam, eye metɔtɔna, ne mese futɔ la ƒe gbe, alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem. Elabena wohe fukpekpe va dzinye, eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me. Nye dzi le nu xam vevie le menye; ku ƒe ŋɔdzi ɖe to ɖem. Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye ŋɔdzi gbagba blam. Megblɔ be, “O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la, anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe. Madzo ayi keke gbegbe, aɖanɔ afi ma. Sela Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe, ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.” O! Aƒetɔ, tɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo, tɔtɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, elabena mekpɔ ŋutasesẽ kple ʋunyaʋunya le dua me. Zã kple keli wole tatam le eƒe gliwo dzi, eye nugbeɖoɖo kple hiãkame le eme. Ŋusẽ siwo gblẽa nu la le dɔ wɔm le dua me; ŋutasesẽ kple alakpadada medzona le eƒe ablɔ dzi o. Ne futɔe le dzu yem la, mate ŋu atsɔe; ne ketɔe kɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye la, mate ŋu aɣla ɖee, gake wò, ŋutsu abe nye ene, xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ, nye kple ame si dome habɔbɔ vivi aɖe nɔ, eye míezɔna aduadu le amehawo dome le gbedoxɔ me lae. Ku neƒo ɖe nye ketɔwo dzi kpoyi; woneyi yɔdo me agbagbe, elabena nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe wo dome. Ke meyɔ Mawu, eye wòtɔ nam, heɖem. Fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ medo ɣli le xaxame, eye wòse nye gbe. Eɖem tso aʋa si le edzi yim kplim la me le dedinɔnɔ me, togbɔ be ame geɖewo tso ɖe ŋutinye hã. Mawu, ame si le fiazikpui dzi tegbee la asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, Sela ame siwo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔwo dzi, eye womevɔ̃a Mawu o lae. Nye zɔhɛ wɔ avu kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla. Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi. Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò, elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o. O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/56-7d471e2f0188c90f4c895339608b7f97.mp3?version_id=1613,"Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, elabena amegbetɔwo ti yonyeme kple ŋkubiã; ŋkeke blibo la wole yonyeme kutɔkutɔe. Ame siwo le ŋunye gblẽm la ti yonyeme ŋkeke blibo la, eye wo dometɔ geɖewo tso ɖe ŋunye kple dada. Maka ɖe dziwò ne vɔvɔ̃ ɖom. Wò Mawu si ƒe nya mekafu, Mawu si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ akpɔ o. Nu ka amegbetɔ, ŋutilã kple ʋu, awɔm ma? Ŋkeke blibo la wotrɔa gbo nye nyawo, ɣe sia ɣi wole nugbe ɖom be woawɔ nuvevim. Woɖo babla, wole ŋu tsam, hele ŋku lém ɖe nye afɔɖeɖewo ŋu, eye wotsi dzi ɖe nye agbetsɔtsrɔ̃ ŋuti. Ɖe woƒe vɔ̃ɖinyenye ta la, megana mɔ woasi o; O! Mawu, he dukɔwo ƒu anyi le wò dɔmedzoe me. Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi; lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi; ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa? Ekema nye futɔwo atrɔ adzo, ne meyɔ wò be nàxɔ nam. To esia me la, manya be Mawu nye tɔnye. Mawu, ame si ƒe nya mekafu, Yehowa ame si ƒe nya mekafu. Mawu, ame si dzi meka ɖo; nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm? O! Mawu, meɖe adzɔgbe na wò, eya ta maxe adzɔgbeɖefe na wò. Elabena èɖem tso ku me, eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o, ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/57-4b90d578c3a5010513851508c420dca9.mp3?version_id=1613,"Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi. Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na, Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi. Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa. Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo. Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔ, ena mete ɖe anyi kple nuxaxa. Woɖe ʋe ɖe mɔ dzi nam, gake woawo ŋutɔ ge dze eme. Sela Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu, nye dzi li ke sesĩe, eya ta madzi ha aƒo saŋku. Nyɔ, nye luʋɔ! Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku! Mana fɔŋli nanyɔ! O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò le dukɔwo dome, elabena wò lɔlɔ̃ keke ta, yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli. Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/58-4d1d48b4a60f286ced6813d2d248dd67.mp3?version_id=1613,"Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea? Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa? Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me, eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi. Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke, eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke, wodze aglã, hedaa alakpa. Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene. Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene, eye ne gbesala ɖe gbe nɛ la, mewɔa edzi o; aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee hã la, mesenɛ o. O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo, O, Yehowa, tu tsyo na dzata la! Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene. Ne wovu woƒe dawo me la, woƒe aŋutrɔwo nu netsi. Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene. Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o. Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ, eɖanye mumua, alo ƒuƒua o, woakplɔ ame vɔ̃ɖi la adzoe. Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ, ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu, eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu me. Ekema amewo agblɔ be, “Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe, eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/59-4fbca386444132320814319f64f3435f.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me; kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta. Ɖem tso nu vlo wɔlawo ƒe asi me eye nàxɔm tso hlɔ̃dolawo ƒe asi me. Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa! Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye, evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ, alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Nyemeda vo aɖeke o, evɔ wole klalo be woadze dzinye. Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa! O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo, mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o. Sela Wotrɔ gbɔ le fiẽ me le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsaglãla tsam le dua me. Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa, wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be, “Ame ka ate ŋu aɖo to mí?” O! Yehowa, wò koe le wo kom, èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu. O! Nye ŋusẽ, mele nuwò kpɔm. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ, nye Mawu lɔlɔ̃tɔ. Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe nye ketɔwo dzi. Gake mègawu wo o, O! Aƒetɔ, míaƒe akpoxɔnu, ne menye nenema o la, nye amewo aŋlɔ be. Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla, eye nàhe wo aƒu anyi. Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la, fia wo kple dziku, fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o. Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be Mawue nye fia ɖe Yakob dzi. Sela Wotrɔ gbɔ le fiẽ me, le gbe tem abe avuwo ene, eye wole tsaglãla tsam le dua me. Wole tsatsam le nuɖuɖu dim, eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm. Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha, eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti, elabena wòe nye nye mɔ sesẽ, kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo. O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/60-ae4a6798ec5c676d688c5cbdc1840689.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, ègbe mí, èti kpo dze mía dzi, eye nèdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu, eya ta gbugbɔ mí ɖo te! Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo, eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum. Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ. Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la, èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe woƒe aŋutrɔ ŋu. Sela Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi, be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ. Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be; “Le dziɖuɖu me, mama Sekem, eye madzidze Sukɔt Balime hã. Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee. Nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ. Moab nye nye asiklɔgba, meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi, eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.” Ame ka akplɔm ayi du si ŋu woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me? Ame ka akplɔm ayi Edom? O! Mawu, ɖe menye wòe o la, wò ame si gbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo lae oa? Kpe ɖe mía ŋu, ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o. To Mawu dzi, míaɖu dzi, eye míafanya míaƒe futɔwo ɖe anyigba." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/61-423e1aba921da3fb802e7025b63673f2.mp3?version_id=1613,"Se nye ɣlidodo, O Mawu, eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu. Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi, elabena wòe nye nye sitsoƒe kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta. Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. Sela O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam. Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ, eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo. Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta. Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/62-4f0c4e8410caf93b3d57837676bffc2b.mp3?version_id=1613,"Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le, eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona. Eya koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o. Va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ ame ɖeka ƒoƒo dzi? Ɖe mi katã mialé ame si le abe gli gbagbã kple kpɔ si le mumum ene la aƒu anyia? Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me. Sela O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso. Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe, nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋuʋu o. Nye xɔxɔ kple bubu ku ɖe Mawu ŋu, eyae nye nye agakpe sesẽ kple nye sitsoƒe. O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye, eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo, elabena ne woda wo le nudanu dzi la, tofloko ko wonye, eye wo katã ƒuƒu ko wonye. Migaɖo ŋu ɖe amebaba ŋu, alo akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wofi la ŋuti o. Togbɔ be wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi hã la, mègatsɔ wò dzi da ɖe wo dzi o. Mawu gblɔ nya ɖeka, eye mese nu eve le eme be, “Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ, eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò. Vavã, àɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/63-fac572bd7bbf7c7395614c9797bdcb4c.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, wòe nye nye Mawu, mele diwòm vevie; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, nye ameti blibo la mele diwòm, le kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla, eye tsi aɖeke meli o la dzi. Mekpɔ wò le kɔkɔeƒe la, eye mekpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe. Esi wò lɔlɔ̃ nyo wu agbe ta la, nye nuyiwo ado wò ɖe dzi. Makafu wò, zi ale si mele agbe, eye mado nye asiwo ɖe dzi le wò ŋkɔ me. Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò. Le nye aba dzi, meɖoa ŋku dziwò, mebua ŋutiwò le nye ŋunɔɣi le zã me. Esi nènye nye xɔnametɔ ta la, madzi ha le wò aʋala ƒe vɔvɔli te. Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò goŋgoŋgoŋ, eye wò ɖusibɔ lém ɖe te. Woatsrɔ̃ ame siwo le nye agbe yome tim, woayi ɖe keke anyigba la ƒe tume ke. Woatsɔ wo ade asi na yi, eye woazu nuɖuɖu na amegaxiwo. Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me; ame siwo katã kaa atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la akafui, ke woamia nu na alakpatɔwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/64-96ba2a6de4254b3724eb078f834251dc.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò; kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me. Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me. Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene, eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene. Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la, eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe. Wodea dzi ƒo na wo nɔewo le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me, woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?” Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be, “Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!” Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe, gake Mawu ada aŋutrɔ wo eye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi. Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me. Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe. Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã; woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti. Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso. Ame siwo katã dza le woƒe dzi me la akafui!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/65-ed077deed6f7a7b1a90a7b943efabbe3.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, kafukafu le lalawòm le Zion; wòe míaxe míaƒe adzɔgbeɖefewo na. O! Wò ame si sea gbedodoɖa, gbɔwòe amewo katã ava. Esi nu vɔ̃ do agba ɖe mía dzi la, ètsɔ míaƒe dzidadawo ke mí. Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí. Èna ŋuɖoɖo mí to dzɔdzɔenyenye ƒe ŋɔdzidɔwo me, O, Mawu míaƒe xɔnametɔ, anyigba ƒe mlɔenu ke, kple atsiaƒu siwo le didiƒe ke la katã ƒe mɔkpɔkpɔ. Wò ame si na towo va dzɔ to wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzii, wò ame si tsi atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ kple ƒutsotsoe dzeagbowo kpakple dukɔwo ƒe ʋunyaʋunyawo nu. Ame siwo le didiƒe la vɔ̃ wò nukunuwo; èna dzidzɔhawo ɖi tso afi si ɣe dzena tsona kple afi si wòɖoa to ɖo. Èlé be na anyigba, de aɖui wòsui nyuie, eye nède tsii fũu. Tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋuwo banaa, ne wòana bli eƒe dukɔ, elabena nenema nèɖoe. Ède tsi eƒe boliƒowo, eye nègbã kpoteƒewo wozu sɔsɔe. Ètsɔ agbafie bɔbɔ anyigba lae, eye nèyra eƒe nukuwo. Ètsɔ wò kesinɔnu gbogboawo ɖo atsyɔ̃e na ƒe la, eye wò agblekekewo yɔ gbagba. Lãnyiƒe siwo le gbegbe la yɔ gbagba, eye wotsɔ aseyetsotso ta na togbɛwo. Gbe damawo dzi yɔ fũu kple lãhawo, eye balimewo ƒe afi sia afi yɔ kple bli; wo katã do dzidzɔɣli, eye wodzi ha." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/66-cdab8cc4079d516f723cf4f0d5844659.mp3?version_id=1613,"Mi anyigbawo katã mido ɣli, mitso aseye ɖe Mawu ŋu! Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye! Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò. Anyigba la katã de ta agu na wò, wole kafukafuha dzim na wò, wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” Sela Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ, ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo! Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui, wozɔ afɔ to tsi la titina; miva míatso aseye le eya amea me. Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee, eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm, aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. Sela O! Mi dukɔwo, mikafu míaƒe Mawu la; mina eƒe kafukafu nade dzi woase. Eyae kpɔ míaƒe agbe ta, eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o. Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ, wòe lolõ mí abe klosalo ene. Wòe de mí gaxɔ me, eye nèdo agba ɖe megbe na mí. Èna amewo zɔ míaƒe ta dzi, eye míeto dzo me kple tɔ me, gake èkplɔ mí va anyigba si dzi nuwo do agbogbo ɖo fũu. Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò, adzɔgbe siwo nye nuyi ɖe, eye nye nu ɖe gbeƒã wo, esi meɖo xaxa me. Matsɔ lã damiwo kple agbowo asa numevɔe na wò, hekpe ɖe nyitsuwo kple gbɔ̃wo ŋuti. Sela Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu; mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi. Metsɔ nye nu do ɣli nɛ, eƒe kafukafu le nye aɖe dzi. Ɖe mena nɔƒe nu vɔ̃ le nye dzi me la, ne Aƒetɔ la meɖo tom o, gake Mawu ɖo tom vavã, eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me. Woakafu Mawu, ame si medo toku nye gbedodoɖa, alo te eƒe lɔlɔ̃ ɖa le gbɔnye o!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/67-ab3119892e281e71d44b1b0c7d81c8b6.mp3?version_id=1613,"Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, Sela Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome. O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò. Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela Mawu, dukɔwo katã akafu wò; wòe dukɔwo katã akafu. Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí. Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/68-037bf53226421d44ba23b046f7c00029.mp3?version_id=1613,"Mawu tso, na wò futɔwo naka hlẽ, na wò ketɔwo nasi le nuwò. Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume. Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ, atso aseye le Mawu ŋkume; na woakpɔ dzidzɔ, eye woatu aglo. Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ; eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo, ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la. Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me, enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo. Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi. O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ, hezɔ to gbegbe la, Sela anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu, si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu, Israel ƒe Mawu la ŋkume. O! Mawu, èna tsi dza fũu, eye nèna wò domenyinu si nu ti kɔ na belibelibeli la gakpɔ ŋusẽ. Mawu, wò amewo yi ɖanɔ edzi, eye tso wò nu gbogboawo me, èna nu ame dahewo. Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la, eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be, “Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba, elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me. Esi miele alɔ̃ dɔm le lãkpowo dome la, wotsɔ klosalo fa ɖe nye ahɔnɛ ƒe aʋala ŋu, eye wotsɔ sika si le keklẽm la fa ɖe eƒe fuwo ŋuti.” Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la, enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene. Basan towo ƒe dzedzeme kple kɔkɔme nya kpɔ ŋutɔ; to tsaklitsakliwo Basan toawo nye. O! To tsaklitsakliwo, nu ka ta mietsɔ ŋuʋaʋã ƒe ŋku le to si Mawu tia be wòanye yeƒe fiazikpui ƒe nɔƒe kple Yehowa ŋutɔ ƒe nɔƒe tegbee la kpɔmii? Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la. Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe, èxɔ nunana tso amewo gbɔ, tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò, O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma. Kafukafu woana Aƒetɔ, Mawu míaƒe Ɖela, ame si tsɔa míaƒe agbawo gbe sia gbe. Sela Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame; ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi. Vavã, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo kple dzodome na ame siwo gale woƒe nu vɔ̃wo dzi yim. Aƒetɔ la gblɔ be, “Makplɔ wo vɛ tso Basan; makplɔ wo ado goe tso atsiaƒu ƒe gogloƒe ke, be nàklɔ afɔ ɖe wò futɔwo ƒe ʋu me, eye wò avuwo ƒe aɖewo hã nakpɔ wo tɔ gome.” O! Mawu, wole míaƒe azɔlime kpɔm, wole ale si nye Mawu kple fianye zɔ ge ɖe kɔkɔeƒe lae la kpɔm. Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe, hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome. Mikafu Mawu le ameha gã la dome. Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me. Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo, Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma, eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma. O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ; O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene. Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la, fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò. Blu ɖe lã wɔadã siwo le aƒlawo me kple nyitsuwo ƒe ha siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta. Netsɔ klosalokɔ gãwo vɛ le ɖokuibɔbɔ me. Kaka dukɔ siwo aʋawɔwɔ doa dzidzɔ na. Ame dɔdɔwo atso Egipte ava, eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te. O! Mi anyigbadzifiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na Aƒetɔ la, Sela Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe. Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ, ame si ƒe atsyɔ̃ le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli ŋu. O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/69-e872f9d4debb261cb68818e4935ff2bd.mp3?version_id=1613,"Mawu, ɖem, elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke. Meɖo ba yi ɖe tome ke, afi si afɔɖoƒe mele o. Meɖo tɔ goglowo me; tsi ɖɔ to tanye. Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu. Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la sɔ gbɔ wu nye taɖa. Amewo lé fum yakatsyɔ, eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m. Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe. O! Mawu, ènya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o. O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o. O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la, mègana ŋu nakpe wo le tanye o. Tawòe wodo vlom ɖo, eye ŋukpe tsyɔ mo nam. Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo. Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye, eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye. Esi mefa avi, tsi nu dɔ la, vlododo boŋ wozu nam; esi meta akpanya la, mezu nu ɖikokoe na amewo. Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye, eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem. O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi; O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta, tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o. Ɖem tso agbi me, mègana mayi to o, ɖem le ame siwo lé fum la ƒe asi me, tso tɔ goglowo me. Mègana tsi naɖɔ to tanye, alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o. O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta, eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta. Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o; ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me. Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam, ɖem le nye ketɔwo ta. Ènya ale si wodo vlom, ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem; nye futɔwo katã le ŋkuwò me. Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o. Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me, eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano. Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo; nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo. Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be, womagate ŋu akpɔ nu o, eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee. Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi, eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo. Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo; mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o. Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu. Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi; mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o. Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me, eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe ame dzɔdzɔewo dome o. Mele vevesese kple nuxaxa me; O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm. Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye madoe ɖe dzi kple akpedada. Esia adze Yehowa ŋu wu nyi, eye wòado dzidzɔ nɛ wu nyitsu kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo. Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye, eye mi ame siwo dia Mawu la, míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa! Yehowa ɖoa to hiãtɔwo, eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o. Dziƒo kple anyigba nekafui, atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me, elabena Mawu aɖe Zion, eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso. Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo tɔ; eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee, eye ame siwo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/70-74f1eae1c93549f04e691d6e62e7d072.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, netsɔ nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam. Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo le nye agbe yome tim la dzi. Ame siwo le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe. Ke ame siwo dia wò la netso aseye; woakpɔ dzidzɔ le mewò, eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be, “Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!” Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/71-1cba0d97c31edb6e98ea30252fc3cc0e.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mewòe mebe ɖo, mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o. Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta; trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam. Nye sitsoƒe ƒe agakpe, afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi. Ɖe gbe be woaxɔ nam, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ. O! Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye nàɖem tso nu tovo wɔlawo kple ŋutasẽlawo ƒe fego me. Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke, O! Aƒetɔ Yehowa. Tso nye dzigbe ke, wò ko ŋu meku ɖo, elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me, eya ta makafu wò ɖaa. Mezu nu maɖinu na ame geɖewo, gake wòe nye nye mɔ sesẽ. Wò kafukafu yɔ nye nu me, eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la. Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o, eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o. Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame siwo le lalam be yewoawum la, wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye. Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.” O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam. Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe, eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi. Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa, eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi. Nye nu aɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye kple wò xɔname ŋkeke blibo la, togbɔ be nyemenya eƒe kpekpeme o hã. Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo, O Aƒetɔ Yehowa. Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye, wò ɖeka tɔ ko. O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke, nèfia num, eye va se ɖe egbe la, mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo. O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi. O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke, wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo. O! Mawu, ame kae le abe wò ene? Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke. Àdzi nye bubu ɖe edzi, eye àgafa akɔ nam. O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku le wò nuteƒewɔwɔ ta; madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku, O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ. Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli, ne mele kafukafuhawo dzim na wò, nye ame si nèɖe. Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwo ŋkeke blibo la, elabena ŋukpe kple tɔtɔ va ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/72-be3ab85d1b2451d589a720b4cf03d766.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la, kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la. Adrɔ̃ ʋɔnu na wò dukɔ la le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia nyui na ame siwo ƒe dzi gbã la. Towo atsɔ kesinɔnuwo vɛ na wò dukɔ, eye togbɛwo atsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse vɛ na wo. Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya. Zi ale si ɣe kple ɣleti li la, anɔ te le dzidzimewo katã me. Anɔ abe tsidzadza ɖe anyigba si dzi woƒo gbe le kple agbafie si dza ɖe anyigba hede tsii ene. Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me, eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o. Aɖu fia tso atsiaƒu ƒe go sia dzi ayi go kemɛ dzi, tso tɔsisi to ase ɖe anyigba la ƒe mlɔenuwo ke. Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi. Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ. Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe, elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o. Akpɔ nublanui na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye wòaɖe ame dahewo tso ku me. Aɖe wo le teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, elabena woƒe ʋu xɔ asi le eŋkume. Fia la nenɔ agbe tegbee! Wonetsɔ Seba sika nɛ. Amewo nedo gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye wòayra ŋkeke blibo la. Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene. Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ. Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo. Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi. Amen, ɛ̃, Amen. Esiawo wu Yese ƒe vi, David ƒe gbedodoɖawo nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/73-023feeb75c3e00d0beb246c113e7fb61.mp3?version_id=1613,"Vavã, Mawu wɔ nyui na Israel kple ame siwo dza le woƒe dzi me. Ke nye la, nye afɔ ɖiɖi kloe, eye esusɔ vie ko medze anyi. Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe. Hiãkame aɖeke mele wo dzi o, eye wole lãmesẽ kple dedinɔnɔ me. Wovo tso agba siwo tena ɖe amewo dzi la me, eye amegbetɔwo ƒe hiãtuame aɖeke mele wo dzi o. Eya ta dada nye woƒe kɔga, eye wodo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ abe awu ene. Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me, eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o. Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe, eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo. Woƒe nuwo xɔ dziƒo wɔ wo tɔe, eye woƒe aɖewo xɔ anyigba wòzu wo tɔ. Eya ta woƒe amewo trɔ ɖe wo gbɔ, eye wono tsi fũu. Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya? Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?” Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole ablɔɖe me ɣe sia ɣi, eye wodzia woƒe kesinɔnuwo ɖe edzi. Nyateƒee, dzodzro ko wònye be mewɔ nye dzi dzadzɛ, eye dzodzroe meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me. Mekpea fu ŋkeke blibo la, eye ŋdi sia ŋdi wohea to nam. Ɖe megblɔ be, “Ale maƒo nui nye si” la, anye ne mede viwòwo asi. Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme, va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe Kɔkɔeƒe la, tete mese afi si woawu nu ɖo la gɔme. Vavã, ètsɔ wo ɖo didiƒe, eye nètsɔ wo xlã ɖe anyi wogblẽ keŋkeŋ. Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale, ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ! O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene. Esi nye dzi bi ɖe dɔ me nam, eye nye gbɔgbɔ se veve la, mezu bometsila kple numanyala, eye mele abe lã tagbɔkukutɔ ene le ŋkuwò me. Ke mele gbɔwò ɣe sia ɣi, eye nèlé nye ɖusibɔ ɖe asi. Èkplɔm le wò aɖaŋudede nu, eye àkplɔm emegbe ayi wò ŋutikɔkɔe mee. Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o. Nye ŋutilã kple nye dzi nu ava yi, gake Mawue nye nye dzi ƒe ŋusẽ kple nye gomekpɔkpɔ tegbetegbe. Ame siwo le adzɔge tso gbɔwò la atsrɔ̃, elabena ètsrɔ̃ ame siwo katã meto nyateƒe na wo o. Ke nye ya la, enyo be mate ɖe Mawu ŋu. Aƒetɔ Yehowae mewɔ nye sitsoƒee, maxlẽ wò nuwɔwɔwo katã afia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/74-6885f380fff064184d550b640968a115.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa? Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti? Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema, dukɔ si nye wò domenyinu, ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi. Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu, gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae. Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le; wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma. Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asi le ave dodowo me be woalã atiwo ene. Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu. Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba, eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna. Wogblɔ le woƒe dzi me be, “Míagbã wo gudugudu!” Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le, le anyigba dzi. Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o; womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o. O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu le ŋuwò ase ɖo? Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea? Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo? Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo! Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke; wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi. Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu, eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me. Wòe gbã Leviatan ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo. Wòe ʋu nu le tsitsetsewo kple tɔʋuwo nu wosi bababa, eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie. Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti. Wòe ɖo liƒo na anyigba, eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli. O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi. Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o, eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o. Tsɔ ɖe le wò nubabla la me, elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu. Mègana ame siwo wote ɖe anyi la nate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o; ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ. O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta; ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖem le ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi. Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/75-e99533846d47a3f4f605664b58f14d79.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, míeda akpe na wò, míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ, eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia. Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me. Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, ‘Midzudzɔ dada,’ eye na ame vɔ̃ɖi be, ‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o. Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o, eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ ” Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o, ke boŋ Mawue nye afiatsola, eɖea ame sia le zi dzi, eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi. Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia. Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la; maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/76-1c3149b5b5295300303e5b07d08651fd.mp3?version_id=1613,"Wonya Mawu le Yuda, eye eƒe ŋkɔ lolo le Israel. Eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion. Afi ma wòŋe aŋutrɔ bibiwo, akpoxɔnuwo kple yiwo le, nu siwo nye aʋawɔnuwo. Sela Keklẽ geɖe ƒo xlã wò, eye nènya kpɔ sãsãsã wu to siwo me adelã le fũu la. Woha kalẽtɔwo, wodɔ woƒe alɔ̃ mamlɛtɔ; aʋawɔla siawo dometɔ ɖeka pɛ hã magate ŋu akɔ eƒe asiwo dzi o. O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la, sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka. Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe? Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo, anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe. O! Mawu, esi nètso be yeatso afia, aɖe anyigba la ƒe hiãtɔwo la, nu sia nu zi ɖoɖoe. Sela Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi. Miɖe adzɔgbe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eye mixe adzɔgbeɖefeawo; anyigba siwo katã ƒo xlã mi la netsɔ nunanawo vɛ na Ame si wòle be woavɔ̃ la. Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/77-3ddd5b955177bce1e65938858e8dfe30.mp3?version_id=1613,"Medo ɣli na Mawu be wòaxɔ nam; medo ɣli na Mawu be wòaɖo tom. Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la; le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o, eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ. O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela Èna nye ŋkuwo gbe miamia; fuɖeɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe be nyemate ŋu aƒo nu o. Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo kple blemaƒewo ŋu. Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi. Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be: “Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea? Ɖe magave ame nu akpɔ oa? Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea? Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã? Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea? Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” Sela Tete megblɔ be, “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na.” Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi, ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi. Made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu, eye mabu ta me le wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu. O! Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene? Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo, eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome. Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la, ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela O! Mawu, tsiwo kpɔ wò, tsiwo kpɔ wò, eye woŋe, gogloƒewo ke hã dzo nyanyanya. Lilikpo ɖuɖu tsi bababa, dziŋgɔli ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ. Wose wò gbeɖeɖe le yali me, wò dzikedzo klẽ ɖe xexea me, eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya. Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o. Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene, to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/78-36475eb7c66e342da75914047aabe64c.mp3?version_id=1613,"O! Nye dukɔ, mise nye nufiame, eye miɖo to nye numenyawo. Make nye nu, aƒo nu le lododowo me. Magblɔ nu siwo le ɣaɣla, nu siwo li tso blema ke. Nu siwo míese, eye míenya, nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí. Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o, ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ siwo dze na kafukafu, eƒe ŋusẽ kple nukudɔ siwo wòwɔ la na megbeviwo. Ewɔ ɖoɖowo na Yakob, eye wòɖo se anyi ɖe Israel, se siwo ŋu wòde se na mía fofowo be woafia wo viwo, ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo. Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi, eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi. Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo, dzidzime dzeaglã, ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o, eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o. Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la, wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe. Womelé Mawu ƒe nubabla me ɖe asi o, eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe se la nu o. Woŋlɔ nu si wòwɔ la be, esiwo nye nukunu siwo wòɖe fia wo. Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume le Egiptenyigba dzi, le Zoan nuto me. Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene. Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me. Efe agakpe me le gbegbe, eye wòna tsi wo wòsɔ gbɔ abe atsiaƒumetsiwo ene. Ena tsi do tso agakpe me eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene. Ke woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le gbedzi. Wotsɔ woƒe lɔlɔ̃nu te Mawu kpɔ, esi wobia nuɖuɖu si le wo dzrom vevie. Woƒo nu tsi tsitre ɖe Mawu ŋu be, “Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ na mí le gbedzia? Esi wòtsɔ nu ƒo agakpe la, tsi do bababa, eye tɔʋuwo si kplakplakpla. Gake ɖe wòate ŋu ana nuɖuɖu mía? Ate ŋu ana lã eƒe dukɔa?” Esi Yehowa se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie; eƒe dzo bi ɖe Yakob ŋu, eye eƒe dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu, elabena womexɔ Mawu dzi se, alo ka ɖe eƒe xɔname dzi o. Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi, eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo, ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu, eye wòna bli wo tso dziƒo. Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu, eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo. Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo, eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ. Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene, eye xe dzodzoewo abe ƒutake ene. Ena woge dze woƒe asaɖa me, eye woƒo xlã woƒe agbadɔwo. Ale woɖui ʋuu heɖi ƒo taŋ, elabena ewɔ nu si dzrom wole la dzi na wo. Ke hafi nuɖuɖu si wodzro la navɔ, eye esi wògale nu me na wo ko la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ewu ame sesẽwo le wo dome, eye wòlã Israel ɖekakpuiwo ƒu anyi. To nu siawo katã gbɔ hã la, wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la, womexɔe se o. Ale wòna woƒe ŋkekewo wu nu nanekemakpɔkpɔe, eye woƒe ƒewo wu nu le ŋɔdzi me. Ɣe sia ɣi si ke Mawu wu wo ko la, wodinɛ, eye wogatrɔna ɖe eŋu kple vevidodo. Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe, eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela. Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ. Woƒe dziwo meku ɖe eŋu vavã o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o. Gake ekpɔ nublanui na wo; etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o. Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi, eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o. Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye, eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o. Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi, eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o! Enuenu wotea Mawu kpɔna, eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la. Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi, gbe si gbe wòɖe wo tso ŋutasẽla ƒe asi me, gbe si gbe wòɖe eƒe nukudzesiwo fia le Egipte kple eƒe nukudɔwo fia le Zoan nuto me o. Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu, eye womete ŋu no woƒe tɔʋumetsi o. Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome, woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo. Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo. Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi, eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ. Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi, eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo. Eɖo eƒe dɔmedzoe nyanyra, dziku helĩhelĩ, xaxa kple fuwɔame, siwo nye mawudɔla siwo gblẽa nu la ɖe wo. Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe; meɖe woƒe agbe tso ku me o, ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃. Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te. Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene, eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi. Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o, gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi. Ale wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la ƒe liƒo dzi, va tonyigba si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔ. Enya dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòma woƒe anyigba na wo be wòanye woƒe domenyinu, eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me. Ke wote Mawu kpɔ, wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye womelé eƒe sewo me ɖe asi o. Abe wo fofowo ene la, womeɖo to o, wowɔ nu dzimaxɔsetɔe, eye wole abe dati doagblɔ ene, elabena womate ŋu aka ɖe wo dzi o. Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dɔmedzoe nɛ, eye woƒe legbawo na ŋuʋaʋã tso le eya amea me. Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ, eye wògbe Israel keŋkeŋ. Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi, agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome. Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la. Etsɔ eƒe dukɔ de asi na yi, eye wòdo dɔmedzoe vevie ɖe eƒe domenyinu la ŋu. Ena dzo fia eƒe ɖekakpuiwo, eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o. Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi, eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo. Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna le mo na ame si no wain mu la ene. Enya eƒe futɔwo do ɖe megbe, eye wòdo ŋukpe mavɔ wo. Emegbe la, wògbe nu le Yosef ƒe agbadɔwo gbɔ, eye metia Efraim ƒe to la o. Ke boŋ etia Yuda ƒe to la, esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie. Etu eƒe kɔkɔeƒe la abe kɔkɔƒe ene, eye abe anyigba si wòli kee tegbetegbe ene. Etia David dɔla, eye wòɖee le alẽkpo me; tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ, Yakob kple eƒe domenyinu, Israel. David kpɔ wo dzi le dzi dzɔdzɔe me, eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/79-651bd1378f7be63503ff6ba8ff41f685.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, dukɔwo nye zi ɖe wò domenyinu la dzi, wodo gu wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wogbã Yerusalem wòzu anyiglagoe. Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo na dziƒoxewo abe nuɖuɖu ene, eye wotsɔ wò ame kɔkɔeawo ƒe ŋutilã na anyigbadzilã wɔadãwo. Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o. Míezu fewuɖunu na míaƒe aƒelikawo, eye míezu alɔmeɖenu kple vlodonu na ame siwo ƒo xlã mí. O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàdo dɔmedzoe tegbeea? Va se ɖe ɣe ka ɣi wò ŋuʋaʋã abi abe dzo ene? Trɔ wò dziku helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o la dzi kple fiaɖuƒe siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob, eye wogbã eƒe denyigba. Mègawɔ na mí ɖe mía fofowo ƒe nu vɔ̃ nu o; na wò nublanuikpɔkpɔ nava do go mí kaba, elabena míeɖo xaxa gã aɖe me. O! Mawu, mía Ɖela, kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ ƒe bubu ta. Ɖe mí, eye nàtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le wò ŋkɔ la ta. Nu ka ŋuti dukɔwo agblɔ be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Le míawo ŋutɔ ƒe ŋkume, na dukɔwo nanya be, èbia hlɔ̃ na wò dɔla siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi. Aʋaléleawo ƒe ŋeŋe neɖo gbɔwò, tsɔ wò asi ƒe ŋusẽ ɖe ame siwo wotso kufia na. O! Aƒetɔ, ɖo vlo, si míaƒe aƒelikawo do wò la teƒe na wo zi adre. Ekema mí wò dukɔ, wò lãnyiƒe ƒe alẽwo akafu wò tegbee, eye tso dzidzime yi dzidzime míaɖe wò kafukafu afia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/80-1d986058eb9e33c601c56140e2818100.mp3?version_id=1613,"O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to mí, wò ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene; wò ame si nɔ anyi ɖe kerubiwo titina gli, klẽ le Efraim, Benyamin kple Manase ŋgɔ. Nyɔ wò ŋusẽ, va nàxɔ na mí. O! Mawu, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ. O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu? Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ. Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu. O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ. Ètsɔ wainka tso Egipte, ènya dukɔwo, eye nèdoe. Èdzra eŋuti ɖo nyuie, eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba. Edo vɔvɔli ɖe towo tame eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame. Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke, eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke. Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu, ale be ame siwo to afi ma yi la fɔ wain tsetsewo? Gbehawo nya avuzi le edzi, eye gbemelãwo ɖui. Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ! Do kɔ ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu! Kpɔ wainka sia ta, ke si wò nuɖusi do, viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi. Wolã wò wainka, wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃. Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime, amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi. Ekema míatrɔ le yowòme o; gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ. O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/81-95c056d467fd505ecbec1612f7e63e0e.mp3?version_id=1613,"Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu! Mido ha ɖa, xatsɛwo neɖi, miƒo kasaŋku kple gakasaŋku siwo ƒe gbe me kɔ. Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe. Esia nye se na Israel kple ɖoɖo na Yakob ƒe Mawu la. Esi Mawu tso ɖe Egiptetɔwo ŋu la, eɖoe anyi be wòanye se na Yosef, afi si míese gbegbɔgblɔ si gɔme míese o la le: Egblɔ be, “Meɖe agba la ɖa le woƒe abɔta, eye woɖe woƒe asiwo ɖa le kusi la ŋuti. Mieyɔm le miaƒe xaxa me, eye mexɔ na mi. Metɔ na mi le dziɖegbelilikpo la me. Medo mi kpɔ le Meriba tsi la gbɔ. Sela Mísee, o nye dukɔ, maxlɔ̃ nu mi. O! Israel, nenye ɖe nàɖo tom ɖe! Dzromawu aɖeke maganɔ dowòme o; màgade ta agu na mawu tutɔ aɖeke o. Nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si kplɔ wò do goe tso Egipte. Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ. “Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o; Israel gbe, mebɔbɔ eɖokui nam o, eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome. “Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom, eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la, aleke nyemahabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyii kaba, eye nyemahakɔ nye asiwo dzi ɖe woƒe ketɔwo ŋui o! Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume, eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee. Ke míaɖu bliwɔ nyuitɔ, eye matsɔ kpetomenyitsi aɖi ƒoe na mi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/82-b4f44a723fa1c16cae068bcbf832cdba.mp3?version_id=1613,"Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome. “Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” Sela “Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to. Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. “Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu. “Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’, gake miaku abe amegbetɔwo ko ene eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.” O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/83-4fbe62c5e7d2043fb204213908d55bdf.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, mègazi kpi o, O! Mawu, mègazi ɖoɖoe o, mèganɔ anyi kpoo o. Kpɔ ale si wò futɔwo le nyanyram ɖa, kpɔ ale si wò ketɔwo kɔ ta dzii ɖa. Wole nu baɖa ɖom ɖe wò dukɔ ŋu le ayeme, eye woɖo nugbe ɖe ame siwo nèlɔ̃na la ŋu. Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o, eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.” Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò, ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me, Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo, Gebalitɔwo, Amonviwo, Amalekitɔwo, Filistitɔwo kple ame siwo tso Tiro. Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu, be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. Sela Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian, Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene, ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeb ene, eye woƒe dumegãwo abe Zeba kple Zalmuna ene, ame siwo gblɔ be, “Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.” O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene. Abe ale si dzo biaa ave, alo dzo ƒe aɖe tɔa dzo towo ene la, nenemae nàti wo yomee kple wò ya sesẽ, eye nàdo ŋɔdzi na wo kple wò ahom. Tsɔ ŋukpe tsyɔ mo na wo, ale be amewo nadi wò ŋkɔ, O Yehowa. Na ŋukpe nalé wo, woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me. Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/84-e2183a0b80b1ef9177f1ebb7601ac0c2.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò nɔƒe dzeani loo! Yehowa, wò xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe. Nye dzi kple ŋutilã le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu. O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Fianye kple Mawunye, sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe, eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui, afi si wòatsɔ viawo ada ɖo, be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu. Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la, elabena wole kafuwòm ɖaa. Sela Woayra ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò, ame siwo ƒe dzi ku ɖe xɔsemɔzɔzɔ ŋuti. Ne woto Baka Balime la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒewo, eye kelemetsi tsyɔa edzi kple yayra. Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion. Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ; O! Yakob ƒe Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa. Sela O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu, eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve. Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe; enyo be manye agbonudzɔla le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me, elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu. Yehowae naa amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o. O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/85-75f316a8e00114c4e81c82bb31c60577.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, èɖe amenuveve fia wò anyigba; ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te. Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee, eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi. Sela Èɖe asi le wò dzikudodo helĩhelĩ ŋuti eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo. O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te, míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o. Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea? Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa? O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí, eye nàna wò xɔname mí. Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ; edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ, eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o. Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi. Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo, eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo. Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo. Yehowa ana nu si nyo la mí vavã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku. Dzɔdzɔenyenye le eŋgɔ, eye wòle mɔ tam na eƒe afɔtoƒewo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/86-b6f9a5c8cf067ad1ec782c5ab107bb17.mp3?version_id=1613,"Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam, elabena meda ahe, eye hiã tum. Kpɔ nye agbe ta, elabena metsɔ ɖokuinye na wò. Wòe nye nye Mawu, eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò. O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui, elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la. O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na. O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu. Le nye xaxagbe, mayɔ wò elabena àtɔ nam. O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe wò ene o; nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o. O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ. Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo; wò koe nye Mawu. O! Yehowa, fia wò mɔm, eye mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ dzi si to mɔ ɖeka la nam, ale be mavɔ̃ wò ŋkɔ. Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu, kple nye dzi blibo. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee, elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke. O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome, eye wonye ŋutsu siwo mebu wò ɖe naneke me o. O! Aƒetɔ, ke wò la, Mawu si kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu lae nènye, mèdoa dɔmedzoe kabakaba o, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe. Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam; na wò ŋusẽ wò dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla. Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/87-c4c01525252b5122b5c5ee29fdc1edf4.mp3?version_id=1613,"Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi. Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã. O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela “Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ” Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.” Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, “Wodzi esia le Zion.” Sela Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, “Nye agunuwo katã le mewò.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/88-a8814ee2468a0b7b51c44373510424ac.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, Mawu si ɖem, mele ɣli dom le ŋkuwò me zã kple keli. Nye gbedodoɖa nede gbɔwò, ƒu to anyi ɖe nye kokoƒoƒo ŋu, elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo, eye nye agbe ɖo kudo nu. Wobum ɖe ame siwo yi aʋlime la dome; mele abe ŋutsu si si ŋusẽ mele o la ene. Woɖem ɖe aga da ɖe ame kukuwo dome, eye mele abe ame siwo wowu wole yɔdo me la ene, ame siwo dzi miagaɖo ŋkui o, eye woɖe wo ɖa le wò dzikpɔkpɔ te. Ètsɔm de ʋe goglotɔ me, yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me. Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie, eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. Sela Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye, eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo. Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o, eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ. O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe, eye meke nye abɔwo me na wò. Ɖe nàte ŋu aɖe wò nukunuwo afia ame kukua? Ɖe ame siwo ku la ate ŋu atsi tsitre akafu wòa? Sela Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea? Ɖe woanya nu le wò nukunuwo ŋu le viviti me, alo le wò dzɔdzɔenyenyedɔwo ŋu le anyigba manyamanya dzia? Ke wò, o Yehowae, mele ɣli dom na be nàxɔ nam, eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò. O! Yehowa, nu ka ta nègbem, eye nèɣla wò mo ɖem ɖo? Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã, eye meɖo kudo nu, mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta, eye dzi ɖe le ƒonye. Wò dziku helĩhelĩ tsyɔ dzinye, eye wò ŋɔdzi gblẽ donyeme. Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene, eye wonye tsyɔ dzinye. Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye, eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/89-b7ebc7d7d3f603fb362be2681314b04e.mp3?version_id=1613,"Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la ŋu ɖaa, matsɔ nye nu aɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime. Maɖe gbeƒã be wò lɔlɔ̃ li ke tegbee, eye nèɖo wò nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ. Ègblɔ be, “Mebla nu kple nye ame tiatia, meka atam na David, nye dɔla be, ‘Maɖo wò ƒome anyi tegbee, eye mana wò fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’ ” Sela O! Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kafum, kple wò nuteƒewɔwɔ hã le ame kɔkɔewo ƒe hame. Elabena ame kae le dziŋgɔli me si woatsɔ asɔ kple Yehowa? Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la, kae le abe Yehowa ene? Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe. O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi wò? O! Yehowa, wò la, ŋusẽtɔe nènye, eye wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò. Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi, ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi. Ègbã Rahab gudugudu abe ame siwo wowu la dometɔ ɖeka ene, eye nètsɔ wò abɔ sesẽ kaka wò futɔwo. Dziƒowo nye tɔwò, anyigba hã tɔwòe; wòe wɔ xexea me kple emenuwo katã. Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; ne Tabɔr kple Hermon se wò ŋkɔ ko la, wodzia ha, tsoa aseye. Wotsɔ ŋusẽ de wò abɔ me, eye wò asi sesẽ, wò nuɖusi de dzi. Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò. Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe, eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa. Wotsoa aseye le wò ŋkɔ me ŋkeke blibo la, eye wokpɔa dodoɖedzi le wò dzɔdzɔenyenye me. Elabena wòe nye woƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, eye to wò amenuveve me, nèkɔ míaƒe dzo ɖe dzi. Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa tɔ, miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la. Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na wò ame kɔkɔewo le ŋutega me be, “Metrɔ ŋusẽ kɔ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi; medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome. Meke ɖe David, nye dɔla ŋu, eye mesi ami nɛ kple nye ami kɔkɔe. Nye asi alée ɖe asi, le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe. Futɔ aɖeke mazi edzi wòadzɔ ga nɛ o, eye ame vɔ̃ɖi aɖeke matee ɖe to o. Mafanya eƒe futɔwo le eŋgɔ, eye maƒo ame siwo tso ɖe eŋu la aƒu anyi. Nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la anɔ anyi kplii, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi to nye ŋkɔ dzi. Makɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu dzi, eye eƒe nuɖusi ɖe tɔsisiwo dzi. Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu, nye Agakpe kple Ɖela.’ Matsɔe awɔ nye ŋgɔgbevi kple fia si wodo ɖe dzi wu le anyigbadzifiawo katã dome. Malé nye lɔlɔ̃ nɛ me ɖe asi ɖaa, eye nye nubabla kplii mada le edzi akpɔ gbeɖe o. Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee, eye zi ale si dziƒo li la, nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii. “Ne viawo gblẽ nye sewo ɖi, eye womewɔ nye ɖoɖowo dzi o, ne woda le nye sedede dzi, eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la, ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to na wo ɖe woƒe vodadawo ta, gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi, alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o. Nyemagbe nye nubabla la dzi wɔwɔ o, eye nyematrɔ nu si nye nu gblɔ la o. Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã be, nyemada alakpa na David o. Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee, eye eƒe fiazikpui ali ke le nye ŋkume abe ɣe ene. Woaɖoe anyi ɖaa abe ɣleti, ɖasefo nuteƒewɔla si le dziŋgɔli ŋu ene.” Sela Gake ègbe, èdo vlo, eye nèdo dɔmedzoe ɖe wò amesiamina ŋu vevie. Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me, eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me. Ègbã eƒe gliwo, eye nèwɔ eƒe mɔ sesẽwo wozu aƒedo. Ame siwo katã to afi ma la hae, eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo. Èdo eƒe futɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi, eye nèna eƒe ketɔwo katã tso aseye. Èna eƒe yi nu tsi, eye mèkpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me o. Èna eƒe ŋutikɔkɔe wu enu, eye nètsɔ eƒe fiazikpui ƒu gbe ɖe anyigba. Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ, eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ abe avɔ ene. Sela O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie? Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea? Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo? Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na! Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o, alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? Sela O! Aƒetɔ, afi ka wò lɔlɔ̃ gã tsãtɔ le, wò lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David le wò nuteƒewɔwɔ me la le? Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si woɖu fewu le wò dɔla ŋuti kple ale si nye dzi tsɔ dukɔwo ƒe vlodoame la dzi. O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si wò futɔwo tsɔ le alɔme ɖem le wò amesiamina ƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi. Woakafu Yehowa tegbetegbee! Amen, ɛ̃, Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/90-7c97f4037dbd1832d377973f20dccaf8.mp3?version_id=1613,"Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe le dzidzimewo katã me. Hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu. Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.” Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene, alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene. Èkplɔa amewo dzonae to ku me; wole abe gbe mumu le ŋdi me ene. Togbɔ be emie le ŋdi yeyee hã la, le fiẽ me la, eƒu, eye wòku. Wò dɔmedzoe la tsrɔ̃ mí eye wò dɔmedzoe do ŋɔdzi na mí. Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋkume kple míaƒe nu vɔ̃ siwo míewɔ le ɣaɣlaƒe la ɖo wò mo ƒe kekeli nu. Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le wò dziku ta, eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe. Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo. Ame kae nya wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ? Elabena wò dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene. Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la mí, ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si. O! Yehowa, bɔbɔ wò asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi? Kpɔ nublanui na wò dɔlawo. Tsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na mí le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ, eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me. Na míatso aseye, ɖe ŋkeke siwo katã nètu nu kpli mí kple ƒe siwo katã me nèhe fukpekpe va mía dzi la ta. Na woaɖe wò dɔwɔwɔwo afia wò dɔlawo kple wò atsyɔ̃ afia wo viwo. Aƒetɔ, míaƒe Mawu, na wò amenuveve nanɔ mía dzi, eye nàli ke míaƒe asinudɔwo na mí, ɛ̃, míaƒe asinudɔwo, nàna woali ke nyuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/91-87a7eb004dec7dff31287dab92bb39df.mp3?version_id=1613,"Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te. Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ, nye Mawu si ŋu meku ɖo.” Vavã, aɖe wò le xevimɔtrela ƒe mɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me. Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò, àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te, eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye wò akpoxɔnu kple mɔxenu aƒo xlã wò. Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me, dɔvɔ̃ si le tsatsam le viviti me, alo dɔxɔleameŋu si le nu gblẽm le ŋdɔ la o. Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o. Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo, eye àkpɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe. Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa, ame si nye nye sitsoƒe wɔ nɔwòƒee la, ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe wò o, eye gbegblẽ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o, elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò, be woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi. Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me, be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o. Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi le dzata dziŋɔ kple da vɔ̃ɖi dzi. Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m, madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ. Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti. Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye maɖe nye xɔxɔ afiae.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/92-d5711c34a0f7515a206d65a1454e34ce.mp3?version_id=1613,"Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ, ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me, ɖe ka ewo gakasaŋku kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu. O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta. Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta. O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo, aleke wò susuwo me goglo ale? Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o, be togbɔ be ame vɔ̃ɖi tsi mlɔmlɔmlɔ abe gbe ene, eye nu tovo wɔlawo ƒo se hã la, woatsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe. Vavã, wò futɔwo, o Yehowa, atsrɔ̃ le nyateƒe me, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe. Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene, eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye. Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii, eye nye towo se ale si wonya avuzi le nye futɔ vɔ̃ɖiwo dzii. Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene; ati siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me, woatsi nyuie le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnu. Aleke gbegbe wotsii hã la, woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o. Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ; eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/93-ea5820fc88eb1c9c36cb671d7729e11a.mp3?version_id=1613,"Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye, Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi. Eli ke xexea me, maʋã o. Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke, eye nèli tso mavɔ me ke. Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa, atsiaƒuwo le ɣli dom, atsiaƒuwo dze agbo, eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem. Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe, ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃, Yehowa le dziƒo tri akɔ. Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ; O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃ na wò aƒe ɣeawo katã ɣi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/94-25c32bc74e963b2ba75171da2b13dd3a.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, Mawu si biaa hlɔ̃, O! Mawu si biaa hlɔ̃, klẽ. Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo. O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi ame vɔ̃ɖi la atso aseye? Wole nya tovowo gblɔm, eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu. O! Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, wote wò domenyinu la ɖe to. Wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye wowu tsyɔ̃eviwo hã. Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.” Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me, mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya? Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa? Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa? Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa? Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya? Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu, eye wònya be tofloko ko wònye. O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na, ame si nèfia nui tso wò se la me, eye nèna gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃eŋkekewo me, va se ɖe esime wòɖe ʋe na ame vɔ̃ɖiwo. Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o. Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi, eye ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la adze eyome. Ame ka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam? Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye? Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la, anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe. Esi medo ɣli be, “Nye afɔ le ɖiɖim” la, wò lɔlɔ̃, O! Yehowa, de megbe nam. Esi dzitsitsi yɔ menye la, wò akɔfaname he dzidzɔ vɛ na nye luʋɔ. Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ si hea hiãkame vɛ to eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa? Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu, eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ. Gake Yehowae nye nye mɔ sesẽ, nye Mawu kple agakpe si nye nye sitsoƒe. Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo, eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃, Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/95-9a51b34f496d8e7dbf16e0f1443e85de.mp3?version_id=1613,"Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu. Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada, eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me. Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta. Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me, eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ. Atsiaƒu hã nye etɔ, elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã. Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ, eye mina míadze klo ɖe Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume. Elabena eyae nye míaƒe Mawu, eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe, kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te. Egbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o. Afi mae mia fofowo, togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la, wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le. Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ, megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ, eye womenya nye mɔwo o.” Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be, “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/96-f78f13ec8b4d83e69fca83198ae4751e.mp3?version_id=1613,"Midzi ha yeye na Yehowa; Mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa. Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ; miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe. Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome. Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo, ke Yehowae wɔ dziƒowo. Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ, eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me. O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo, mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa. Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ, eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe. Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me, eye anyigba katã nedzo nyanyanya le eŋkume. Migblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.” Eɖo xexea me gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o; eye adrɔ̃ ʋɔnu amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Mina dziƒowo natso aseye, anyigba nekpɔ dzidzɔ, atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe, eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye. Ekema avemetiwo adzi ha atso aseye; woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/97-00533c3f92be731e9370c8a301294d3a.mp3?version_id=1613,"Yehowa le fia ɖum, anyigba nekpɔ dzidzɔ, eye ƒutadu siwo le didiƒe ke la netso aseye. Lilikpowo kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒo xlãe, eye dzɔdzɔenyenye kple afia nyui tsotso nye eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖokpe. Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa. Eƒe dzikedzo si akaɖi ɖe xexea me, eye anyigba kpɔe heʋuʋu heyeheye. Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃, le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume. Dziƒowo le gbeƒã ɖem eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã, ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, ke misubɔe, mi mawuwo katã! Zion see, dzi dzɔe, eye Yuda ƒe kɔƒewo hã tso aseye le wò afia nyui tsotsowo ta, o Yehowa. O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi, eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã. Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, mitsri vɔ̃, elabena edzɔa etɔ siwo wɔa nuteƒe la ƒe agbe ŋuti, eye wòɖea woƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me. Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/98-d466cce89f76eb7d3e33cc9198073560.mp3?version_id=1613,"Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ. Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo. Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe. Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo. Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi, kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume. Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, anyigba kple edzinɔlawo katã hã. Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta. Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/99-97db6fd9f059d204442bd95db39e1776.mp3?version_id=1613,"Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu. Yehowa nye gã le Zion, ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta. Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe. Fia la nye ŋusẽtɔ, elɔ̃a afia nyui tsotso, wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me. Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe. Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo. Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi. O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; togbɔ be èhe to na wo le woƒe nu tovowo ta hã la, ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel. Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/100-c7ff138e82ae06205bc5a50a280b721c.mp3?version_id=1613,"Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu. Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume. Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ, eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye. Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada, eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu; mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ. Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa; nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi tso dzidzime yi dzidzime." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/101-9c5f17649d5ec563d5d48dae35a700b2.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, madzi ha le wò lɔlɔ̃ kple afia nyui tsotso ŋuti, eye madzi kafukafuha na wò. Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o. Nyematsɔ nu si me vɔ̃ le la aɖo nye ŋkume o. Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo, womalé ɖe ŋunye o. Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye, kadodo aɖeke mele nye kple nu vɔ̃ɖi dome o. Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme, eye ame si ŋku gã le esi eye wòdana le dzi me la, eya nyematɔ ɖe egbɔ o. Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, anye nye nunɔla. Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o, eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o. Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe. Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe du la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/102-500fd64d50e65bdde1e06170bd1c70ab.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò. Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba. Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene. Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene. Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be. Le nye ŋeŋe sesĩe ta la, meɖi ku zu ƒu ɖeɖe. Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene, alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene. Mele ŋu le aba dzi, eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene. Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la, eye ame siwo tso ɖe ŋunye la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui. Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe, le wò dziku helĩhelĩ la ta elabena èdom ɖe dzi, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge. Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene, eye meyrɔ abe gbe ene. O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe, eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime. Ke wò la àtso, akpɔ nublanui na Zion, elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃, ɣeyiɣi ɖoɖi la de. Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ, eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa nublanuikpɔkpɔ le wo me. Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu. Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me. Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o. Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be ame siwo womedzi haɖe o la nakafu Yehowa be: “Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo, be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.” Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion kple eƒe kafukafu le Yerusalem, ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo ƒo ƒu be woasubɔ Yehowa. Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi, eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ, eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu, mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o, wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime. Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ. Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa; woanyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔli wo abe avɔ ene ahatsɔ wo aƒu gbe. Ke wò la, ègale ale si nènɔ, eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o. Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me, eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/103-1971894d4e998ce1e41ff5d61d4f115b.mp3?version_id=1613,"O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o. Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu. Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò. Ame si tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò didiwo, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene. Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi. Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israelviwo nya eƒe nuwɔwɔwo. Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu, medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi. Metsɔa nya ɖe ame ŋu ɣe sia ɣi, alo léa dɔmedzoe ɖi ɖikaa o. Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu, alo ɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la, nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ. Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe. Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la, nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ, elabena enya ale si wowɔ mí, eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye. Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene, edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene; ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o, womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o. Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi kple wo viwo ƒe viwo kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi. Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum. Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi. Mikafu Yehowa, mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã, mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔwɔwɔwo katã, le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/104-d513219de5b86da16ef951a381574160.mp3?version_id=1613,"O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo; èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye. Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene, eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi. Yae nye eƒe dɔtsɔlawo, eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo. Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi, eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o. Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene, eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame. Ke esi nèblu la, tsiawo si, eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ. Wosi to towo tame, heva to balimewo, va ɖo teƒe si nètia na wo la. Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo, eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o. Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me, eye wosi to towo dome. Wonaa tsi gbemelãwo, eye wotsia gbetedziwo ƒe tsikɔwuame nu. Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to, eye wodzia ha le atilɔwo dzi. Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me; eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba. Ena gbe mie na nyihawo, eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa, ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo; wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi, ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te. Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie, Lebanon ƒe sedati siwo wòdo. Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo, eye aŋɔɣi wɔ eƒe nɔƒe ɖe gbotiwo me. To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ, eye agakpewo tome zu bebeƒe na hlɔ̃madɛwo. Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome, eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to. Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã le ave me la doa go. Dzatawo ɖea gbe na nuléle, eye wodia woƒe nuɖuɖu tso Mawu gbɔ. Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me. Tete ame do go yi dɔ me, yi ɖe eƒe dɔ gbɔ va se ɖe fiẽ. O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya deto me, anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo. Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke, lã siwo mele xexlẽme o la yɔe, nenema kee nye nu gbagbe bubuwo hã, suewo kple gãwo siaa. Meliwo zɔa edzi yina, gagbɔna, eye afii mae boso si nèwɔ la hã le. Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be nàna nuɖuɖu yewo le wo naɣi. Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu; eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo. Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ. Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nenɔ anyi tegbee. Yehowa nekpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya; eya ame si ka asi towo ŋu, eye wotu dzudzɔ. Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me, eye zi ale si mele agbe la, madzi kafukafuha na nye Mawu la. Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me. Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o. O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/105-b596bb1fa2bcd86060b911601ad66db1.mp3?version_id=1613,"Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome. Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo. Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye. Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, midi eƒe ŋkume ɖaa. Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi. O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo. O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia. Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi la me. Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa, eyae nye nu si wòbla kple Abraham kple atam si wòka na Isak. Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene, eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be, “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene.” Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, womesɔ gbɔ o, eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la, wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me, tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me. Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o, le wo ta, wòka mo na fiawo be, “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.” Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi, eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã, ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef, ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ. Wode kunyowu afɔ nɛ, wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ, va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme, eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nya naɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe. Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game, eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee. Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu, eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla, be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu, eye wòafia nunya eƒe dumegãwo. Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi, eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene. Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi, eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo, ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la, eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu. Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa. Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi. Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa? Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu, eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku. Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo, esiwo ge ɖe woƒe dumegãwo ƒe xɔgãwo me ke. Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ woƒe dukɔ la katã me. Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi, eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti le woƒe anyigba blibo la dzi. Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi, eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi. Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi, nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã; woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi, eye woɖu nuku ɖe sia ɖe si le bo dzi hã. Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi, esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo. Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika, eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o. Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo, elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo. Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene, eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me. Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe. Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa, eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene. Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na eƒe dɔla Abraham la dzi. Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso, eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli. Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la va zu domenyinu na wo. Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/106-e5062a1d6789e84f652b7d98143cc2e0.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu siwo wòwɔ alo akafui wòade go? Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi. O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem, va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem, be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me, be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la, eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò. Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene; míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi. Esi mía fofowo nɔ Egipte la, womebu wò nukunuwo ŋu o; womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o, ke boŋ wodze aglã le ƒu la to, le Ƒu Dzĩ la to, gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta, be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la. Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie; ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene. Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me, eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le. Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi, eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se, eye wodzi ha kafui. Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo, eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o. Le gbea dzi la, wodzro nu vevie, eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ. Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo, gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome. Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me, ame si ŋuti wokɔ na Yehowa. Anyigba ke nu mi Datan, eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe. Dzo va fia wo yomedzelawo, eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo. Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ, eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga. Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe. Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be, Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte kple dzesiwo le Hamnyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to. Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge. Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo. Wodo vlo anyigba dzeani la, eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o. Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa o. Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wo be yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi, woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome, eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi. Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo, eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o. Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa, eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome. Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me, tete dɔvɔ̃ la nu tso. Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛ hena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ. Le Meriba tsiawo gbɔ, wodo dɔmedzoe na Yehowa, eye Mose kpɔ nya le woawo ta. Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti, eye nya vlowo ge le Mose nu. Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o, ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo. Wosubɔ woƒe legbawo, esi zu mɔ me woge ɖo. Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo. Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu, ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo, eye wotsɔ woƒe ʋu gblẽ kɔ ɖo na anyigba la. Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me, eye to woƒe nuwɔnawo me, wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe, eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu. Etsɔ wo de asi na dukɔwo, eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi. Woƒe futɔwo te wo ɖe to, eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te. Eɖe wo zi geɖe, gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã, eye wovɔ le eme keŋkeŋ le woƒe nu vɔ̃ me. Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa, esi wòse woƒe ɣlidodo; le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi, eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta. Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo la kpɔ nublanui na wo. O! Yehowa, míaƒe Mawu, ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu. Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/107-484be157c43878fe5e61f0081dcdec10.mp3?version_id=1613,"Mida akpe na Yehowa, elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Ame siwo Yehowa ɖe la negblɔ esia; ame siwo wòɖe tso futɔ la ƒe asi me, ame siwo nu wòƒo ƒui tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe. Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo, eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o. Dɔ kple tsikɔ wu wo, eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me. Tete wodo ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me. Ekplɔ wo tẽe yi ɖe du aɖe si me woanɔ. Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta. Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum. Ame aɖewo nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, gamenɔla siwo le fu kpem le gakɔsɔkɔsɔwo me, elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe nyawo ŋuti, eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe aɖaŋudede. Eya ta wòtsɔ wo de asi na dɔ sesẽ wɔwɔ, womu sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, eye ame aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o. Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me. Eɖe wo le viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖitsiɖi la me, eye wòtso woƒe gakɔsɔkɔsɔwo. Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta, elabena eŋe akɔbligbowo, eye wòlã gayibɔ ƒe gametiwo me. Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me, eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta. Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe, eye woɖo ku ƒe agbowo nu. Wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me. Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe. Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta. Wonesa akpedavɔ nɛ, eye woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo afia to aseyetsohawo me. Ame aɖewo le meli me zɔ atsiaƒu dzi, wonye asitsalawo le tɔ gãwo dzi. Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo, wokpɔ eƒe nukudɔwo le atsiaƒu gɔme, elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi, eye eƒe tsotsoewo dze agbo. Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me, woƒe dzideƒo lolo gbana. Wole mumum sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, le nu klim abe ame siwo mu aha ene, eye womegale naneke gɔme sem o. Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me. Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene, eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo. Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi, eye wòkplɔ wo va se ɖe esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ. Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta. Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me, eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me. Etrɔ tɔsisiwo wozu gbegbe kple tsidzɔƒewo wozu kuɖiɖinyigba, eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. Etrɔ gbegbe wòzu tɔʋu, eye kuɖiɖinyigba zu tsidzɔƒe; afi mae wòkplɔ dɔwuitɔwo be woava nɔ, eye wotso du si me woanɔ. Woƒã nukuwo ɖe agble me, wode waingblewo, eye wotse ku geɖe hena xaxa. Eyra wo, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ. Nenema ke mena woƒe lãhawo dzi ɖe kpɔtɔ o. Tete wozu ʋɛ, wobɔbɔ wo ɖe anyi le teteɖeanyi, dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa me; eye eya ame si trɔa vlododo kɔna ɖe ame ŋkutawo dzi la, wɔe be wole tsaglãla tsam le gbegbe afi si mɔtoƒe aɖeke mele o. Ke ekɔ hiãtɔwo ɖe dzi tso woƒe hiã me, eye wòna woƒe ƒome dzi ɖe edzi abe lãhawo ene. Ame dzɔdzɔe kpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu. Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/108-678daedff3690bf1091d0be8ac6516a5.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ. Madzi ha, aƒo saŋku kple nye luʋɔ blibo. Saŋku kple kasaŋku, minyɔ! Manyɔ fɔŋli. O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome, elabena wò lɔlɔ̃ de blibo, hekɔ wu dziƒowo, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo. O! Mawu, woado wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu, eye na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi. Ɖe mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu kple wò nuɖusibɔ, be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe. Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be, “Mama Sekem le dziɖuɖu me, eye madzidze Sukɔt Balime. Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee; nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ. Moab nye nye tsiletɔkpo, matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi, eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu.” Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee? Ame ka akplɔm ayi Edom? O! Mawu, ɖe menye wòe oa? Nu ka wɔ nègbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o? Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o. Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi, eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/109-b9c99c86d6ab6bd5c3576f6bdba00c50.mp3?version_id=1613,"O! Mawu, wò ame si mekafu, mègazi ɖoɖoe o, elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpatɔwo, ke woƒe nuwo ɖe ŋutinye, eye wogblɔ nya ɖe ŋunye kple alakpaɖewo. Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm; wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe. Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe, ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye. Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe. Tia ame vɔ̃ɖi aɖe wòatso ɖe eŋu; eye na amenutsola natsi tsitre ɖe eƒe nuɖusime. Ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, woneɖe agɔdzedze nɛ, eye eƒe gbedodoɖawo nebu fɔe. Eƒe ŋkekewo nenɔ ʋɛ eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ. Viawo nezu tsyɔ̃eviwo, eye srɔ̃a nezu ahosi. Viawo nenɔ tsaglãla tsam, anɔ nu biam; wonenya wo do goe le woƒe aƒe gbagbãwo me. Fetɔ aɖe nexɔ eƒe nunɔmesiwo katã, eye amedzrowo neha nu siwo wòwɔ dɔ kpɔ. Ame aɖeke megave enu loo, alo akpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o. Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃, eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me. Woneɖo ŋku fofoawo ƒe vodadawo dzi le Yehowa ŋkume, eye womegatutu dadaa ƒe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o. Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa, ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o, ke boŋ eƒo hiãtɔ, ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku. Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi; amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o, eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ. Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene, wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene, eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene, eya ta netae abe avɔ ene, eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe. Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye. Ke wò la, o Aƒetɔ Yehowa, wɔ nyui nam le wò ŋkɔ la ta, ɖem le wò lɔlɔ̃ si wɔa nyui la ta, elabena hiãtɔ kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi le menye. Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene. Le nutsitsidɔ ta la, nye klowo zu belie, eye meɖi ku glaglaglã. Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo, eye woʋuʋua ta ne wokpɔm. O! Yehowa, nye Mawu, kpe ɖe ŋunye, ɖem le wò lɔlɔ̃ la ta. O! Yehowa, wonenya be to wò asi dzie nèwɔ esia. Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye. Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene. Matsɔ nye nu ado Yehowa ɖe dzi, eye le ameha gã la dome, makafui, elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/110-73db28307710b0e43a7501cd4fdb5b99.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.” Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome. Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu. Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.” Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi. Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi. Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me, eya ta afɔ eƒe ta dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/111-955f105b72e893d08372d0bbda88efc6.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome. Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem; ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti. Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee. Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla. Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe. Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo. Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ; nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii, elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me. Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu. Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/112-1e731a57ed5259131fa7cd4681c3e5a2.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu. Viawo anye ŋusẽtɔwo le anyigba la dzi, eye woayra dzi dzɔdzɔetɔwo ƒe dzidzime. Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa. Le viviti me gɔ̃ hã la, kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo, nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu, kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe. Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa, eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi. Vavã, maʋã akpɔ o; woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee. Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o, eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi. Mavɔ̃ naneke o, elabena dzi le eƒo; eye mlɔeba la, akpɔ eƒe futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me. Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me. Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui, aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/113-b3c5e15d85cf777d8508a017340b9cf6.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. O! Mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafui, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ. Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia yi ɖe mavɔ me ke. Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo. Yehowa nye gã ɖe dukɔwo katã dzi, eye eƒe ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta. Ame kae le abe Yehowa, míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo, eye wòbɔbɔ be yeakpɔ dziƒowo kple anyigba ɖa? Efɔ ame dahe ɖe tsitre tso ke me, eye wòfɔ hiãtɔ ɖe dzi tso dzowɔ me; hetsɔ wo ɖo dumegãwo xa, ɛ̃, woƒe dumegãwo xa. Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/114-beb5c441dd81811cf7c6d9db8d04637e.mp3?version_id=1613,"Esi Israel do go tso Egipte, esi Yakob ƒe aƒe la do go tso gbe bubu gblɔlawo dome la, Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe, eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe. Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo, Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe. Towo ti kpo abe agbowo ene, eye togbɛwo abe alẽviwo ene. O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo, O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo? Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo? O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume, le Yakob ƒe Mawu la ŋkume, eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/115-b8d9d401f62684df46a501d05805e2ec.mp3?version_id=1613,"Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o, ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta. Nu ka ta dukɔwo le gbɔgblɔm be, “Afi ka woƒe Mawu la le?” Míaƒe Mawu la le dziƒo, eye nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna, gake woawo ya ƒe legbawo nye klosalo kple sika, eye amegbetɔ ƒe asiwoe wɔ wo, eya ta nu li na wo, gake womate ŋu aƒo nu o, ŋku li na wo, gake womate ŋu akpɔ nu o; to li na wo, gake womesea nu o, ŋɔti li na wo, gake womeʋẽa nu sena o; asi li na wo, gake wometea nu kpɔna o, afɔ li na wo, gake womate ŋu azɔ loo, alo aƒo nu to ve me o. Ame siwo wɔ wo la, anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe wo dzi. O! Israel ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu. O! Aron ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu. Mi ame siwo vɔ̃nɛ, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu. Yehowa ɖo ŋku mía dzi, eya ta ayra mí. Ayra Israel ƒe aƒe la, ayra Aron ƒe aƒe la, ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, suewo kple gãwo siaa. Yehowa nana miadzi ɖe edzi, miawo ŋutɔwo kple mia viwo. Yehowa neyra mi, eya dziƒo kple anyigba Wɔla. Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa, Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ. Menye ame kukuwoe kafua Yehowa o, menye ame siwo zi ɖoɖoe le aʋlimee o; ke boŋ mí ame siwo doa Yehowa ɖe dzi fifia kple ɖaasi lae. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/116-e112ae991b4b4b8470207fea725dd1cc.mp3?version_id=1613,"Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe; ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam. Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la, mayɔe zi ale si mele agbe. Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye. Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be, “O! Yehowa, ɖem!” Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ; míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta; esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme. O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme, elabena Yehowa nyo dɔ me na wò. O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋkuwo tso aɖatsi si me, nye afɔwo tso anyidzedze me; be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Mexɔe se, eya ta megblɔ be, “Wokaa hiãm ŋutɔ.” Eye le nye moya me, megblɔ be, “Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.” Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ? Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ. Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋkume. Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋkume. O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me. Masa akpedavɔ na wò, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ. Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa, le eƒe dukɔ blibo la ŋkume, le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mia dome, o Yerusalem. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/117-0fa5d9a00821223da2e0cd1f474de11c.mp3?version_id=1613,"Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa; midoe ɖe dzi, mi ame siwo katã le anyigba dzi. Elabena eƒe lɔlɔ̃ na mí sɔ gbɔ ŋutɔ, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/118-03681da00b09c901434c0fcf9cac04a8.mp3?version_id=1613,"Mida akpe ne Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Israel negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.” Aron ƒe aƒe la negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.” Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be, “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.” Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa, etɔ nam, eye wòɖe gam. Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ awɔm? Yehowa li kplim, eyae nye nye xɔnametɔ. Makpɔ nye futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me. Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu. Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe dumegãwo ŋu. Dukɔwo katã ɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã. Woɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã. Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene; ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le. Wotu asim do ɖe megbe, eye medze anyi kloe, gake Yehowa xɔ nam. Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye ha, eye wòzu nye xɔname. Aseyetsotso kple dziɖuɣli le ɖiɖim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ me be, “Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo! Yehowa ƒe nuɖusi le dzi bobobo! Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!” Nyemaku o, ke boŋ manɔ agbe, eye maɖe gbeƒã nu siwo Yehowa wɔ. Yehowa he to nam vevie, gake metsɔm de asi na ku o. Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam, mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa. Esiae nye Yehowa ƒe agbo, afi si dzɔdzɔetɔwo ato age ɖe eme. Mada akpe na wò, elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname. Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe. Yehowae wɔ esia, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume. Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ, mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme. O! Yehowa, ɖe mí, o Yehowa, na wòadze edzi na mí dzro. Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Míeyra wò tso Yehowa ƒe aƒe me. Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ. Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò; wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/119-ee278aba9db76761b2c6f87f5a285b9b.mp3?version_id=1613,"Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o, ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu. Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo. Womewɔa vɔ̃ aɖeke o; ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi. Èwɔ se siwo dzi wòle be woawɔ ɖo blibo la da ɖi. O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ. Ekema ŋu makpem ne mebu wò sewo katã ŋu o. Makafu wò le dzi dzɔdzɔe me, ne mele wò se dzɔdzɔeawo srɔ̃m. Mawɔ ɖe wò sededewo dzi, eya ta mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o. Aleke ɖekakpui awɔ, be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi? To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee. Madi wò kple nye dzi blibo, eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o. Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o. O! Yehowa, woakafu wò ɖaa; fia wò sededewom. Matsɔ nye nu axlẽ se siwo katã do tso wò nu me la afia. Melé wò ɖoɖowo me ɖe asi dzidzɔtɔe, abe ale si ame kpɔa dzidzɔ ɖe kesinɔnu gbogbowo ŋu ene. Mede ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu, eye melé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu. Wò sededewo doa dzidzɔ nam, nyemaŋlɔ wò nya la be o. Wɔ nyui na wò dɔla, be manɔ agbe. Mawɔ wò nya la dzi. Ʋu nye ŋkuwo be makpɔ nukunuwo le wò se la me. Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o. Nu te nye luʋɔ ŋu, le wò sewo yometiti ɣe sia ɣi ta. Èka mo na dadalawo, ame siwo woƒo fi de, eye wotra tso wò sewo gbɔ. Ɖe ŋukpe kple vlododo ɖa le ŋunye, elabena melé wò sewo me ɖe asi. Togbɔ be dziɖulawo nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye wole ŋunye gblẽm hã la, wò dɔla ade ŋugble le wò sededewo ŋu. Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam; wonye nye aɖaŋuɖolawo. Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me, kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu. Mexlẽ nye mɔwo fia, eye nèɖo tom. Fia wò sededewom. Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme; ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu. Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ; do ŋusẽm le wò nya la nu. Ɖem le alakpamɔwo dzi, eye nàve nunye to wò se la dzi. Metia nyateƒe ƒe mɔ, eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu. Meku ɖe wò sewo ŋu vevie, o Yehowa, eya ta mègana ŋu nakpem o. Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me. O, Yehowa, fia ale si madze wò sededewo yomee lam, ekema malé wo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi, eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo. Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le. Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu, ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o. Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu, eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu. Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla, ale be woavɔ̃ wò. Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa, elabena wò sewo nyo. Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ! Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la neva gbɔnye; nenema kee nye wò xɔname hã le wò ŋugbedodo la nu, ekema maɖo eŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye, elabena meka ɖe wò nya dzi. Mègaɖe nyateƒe ƒe nya la le nye nu me o, elabena meda nye mɔkpɔkpɔ ɖe wò sewo dzi. Mawɔ ɖe wò se la dzi ɣe sia ɣi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Mazɔ le ablɔɖe me, elabena medi wò ɖoɖowo yomemɔ. Maƒo nu tso wò sewo ŋu le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o. Wò sededewo doa dzidzɔ nam, elabena melɔ̃a wo. Medo nye asiwo ɖe dzi na wò sedede siwo melɔ̃ la, eye mede ŋugble le wò sededewo ŋu. Ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla la dzi, elabena ètsɔ mɔkpɔkpɔ de menye. Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me, be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe. Dadalawo ɖua fewu le ŋunye faa, gake nyemetrɔ le wò se la yome o. O! Yehowa, meɖo ŋku wò blemasewo dzi, elabena mekpɔa akɔfafa le wo me. Ŋɔdzi lém le ame vɔ̃ɖiwo ta, ame siwo gbe nu le wò se la gbɔ. Afi sia afi si medze la, wò sewo nyea nye ha ƒe tanya. O! Yehowa, le zã me la, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi, eye malé wò sewo me ɖe asi. Esia nye tɔnye gome, elabena mewɔa wò ɖoɖowo dzi. O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi. Medi wò ŋkume kple nye dzi blibo, eya ta ve nunye le wò ŋugbedodo la nu. Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu. Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi. Togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo blam kple ka hã la, nyemaŋlɔ wò sewo be o. Mefɔ le zãtitina be mada akpe na wò ɖe wò se dzɔdzɔeawo ta. Menye xɔ̃ na ame siwo katã vɔ̃a wò kple ame siwo katã dze wò sewo yome. O! Yehowa, anyigba dzi yɔ fũu kple wò lɔlɔ̃, eya ta fia wò sededewom. O! Yehowa, wɔ nyui na wò dɔla le wò nya la nu. Fia nunya kple afia nyui tsotsom, elabena mexɔ wò sededewo dzi se. Hafi woava aka hiãm la, metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la. Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo, eya ta fia wò sededewom. Togbɔ be dadalawo tsɔ alakpa sisi ɖe ŋunye keŋ hã la, melé wò sewo me ɖe asi kple nye dzi blibo. Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o, ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu. Enyo be woka hiãm, ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo. Se siwo do tso wò nu me la xɔ asi nam wu sika kple klosalo akpewo. Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso; tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo. Na ame siwo vɔ̃a wò la nakpɔ dzidzɔ ne wokpɔm, elabena metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi. O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe, eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm. Na be wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la nanye nye akɔfafa, le ŋugbe si nèdo na wò dɔla la ta. Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ. Na ŋu nakpe dadala, le esi wòwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, nye nanekemawɔmawɔe; ke nye la, made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. Na ame siwo vɔ̃a wò la natrɔ ɖe ŋunye, ame siwo se wò nuɖoanyiwo gɔme. Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o, ale be ŋu makpem o. Nu ti kɔ na nye luʋɔ le wò ɖeɖedidi vevie ta, gake metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi. Nu te nye ŋkuwo ŋu, le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta. Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?” Togbɔ be mele abe waingolo le dzudzɔ me ene hã la, nyemeŋlɔ wò sededewo be o. Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala? Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo? Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam, nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu. Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo; kpe ɖe ŋunye, elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe. Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe, gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o. Le wò lɔlɔ̃ la ta, kpɔ nye agbe ta, eye maɖo to se siwo do tso wò nu me. O! Yehowa, wò nya la nye nya mavɔ, eli ke goŋgoŋgoŋ ɖe dziƒo. Wò nuteƒewɔwɔ li le dzidzimewo katã; wòe ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòli ke ɖaa. Wò sewo gali va se ɖe egbe, elabena wòe nuwo katã subɔna. Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me. Nyemaŋlɔ wò ɖoɖowo be o, elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi. Ɖem, elabena tɔwò menye, elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ. Ame vɔ̃ɖiwo le lalam be woatsrɔ̃m, ke nye la, madzro wò sewo me. Mekpɔ seɖoƒe na nu de blibo ɖe sia ɖe, gake wò sededewo ya la, seɖoƒe meli na wo o. O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae! Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la. Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã, elabena wole gbɔnye ɖaa. Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã, elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. Gɔmesese le asinye wu dumegãwo, elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi. Meɖe nye afɔ ɖa le mɔ vɔ̃ ɖe sia ɖe dzi, ale be mawɔ ɖe wò nya la dzi. Nyemedzo le wò sewo gbɔ o, elabena wò ŋutɔe fia num. Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ, eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ! Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi, eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe. Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye mɔ. Meka atam, eye meɖo kpe edzi be, wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ. Mekpe fu geɖe, eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta, le wò nya la nu. O! Yehowa, xɔ kafukafu si nye nu dzra ɖo ɖi la, eye nàfia wò sewom. Togbɔ be metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome enuenu hã la, nyemaŋlɔ wò se la be o. Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam, gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o. Wò ɖoɖowo nye nye domenyinu tegbee, elabena wonye nye dzi ƒe dzidzɔ. Nye dzi ku ɖe wò sededewo dzi wɔwɔ ŋu va se ɖe nuwuwu. Melé fu susuevetɔwo, gake melɔ̃ wò se la. Wòe nye nye sitsoƒe kple nye akpoxɔnu, metsɔ nye mɔkpɔkpɔ de wò nya la me. Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi! Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu, ekema manɔ agbe, eye mègana ŋu nakpem le nye mɔkpɔkpɔ me o. Lém ɖe te, ekema makpɔ ɖeɖe, eye ɣe sia ɣi made bubu wò sededewo ŋu. Ègbe nu le ame siwo katã tra mɔ tso wò sededewo gbɔ la gbɔ, elabena woƒe alakpadada nye nu dzodzro. Ègbe nu le ame vɔ̃ɖi siwo katã le anyigba dzi la gbɔ abe gbeɖuɖɔ ene, eya ta melɔ̃ wò nuɖoanyiwo. Nye lãme le ƒoƒom le vɔvɔ̃ na wò ta, eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta. Mewɔ nu si dzɔ kple nu si le eteƒe, eya ta mègaɖe asi le ŋunye na ame siwo tem ɖe anyi la o. Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ, mègana dadalawo natem ɖe to o. Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta. Wɔ nu kple wò dɔla le wò lɔlɔ̃ ta, eye nàfia wò sededewom. Wò dɔlae menye, eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme. O! Yehowa, ɣeyiɣi de na wò be nàɖe afɔ, elabena wole wò sewo tum. Elabena melɔ̃ wò sewo wu sika kple sika nyuitɔ. Eye esi mebu wò ɖoɖowo katã be wole dzɔdzɔe ta la, metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe. Wò sewo nye nuku, eya ta meɖo to wo. Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si. Meke nu ɖe te hele gbɔgbɔm fuxefuxe, le wò sewo dim vevie. Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene. Na maɖe afɔ le wò nya la nu, eye mègana nu vɔ̃ aɖeke naɖu dzinye o. Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me, be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi. Na wò mo naklẽ na wò dɔla, eye nàfia wò sededewom. Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o. O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye, eye wò sewo hã le dzɔdzɔe. Nu siwo nèɖo anyi hã la le dzɔdzɔe, woaka ɖe wo dzi ɖikeke manɔmee. Dzo si metsɔ ɖe ŋuwò la na megbɔdzɔ, elabena nye futɔwo gbe nu le wò nyawo gbɔ. Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie, eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ. Togbɔ be wodo vlom, eye nyemele ɖeke me o hã la, nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o. Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wò se la hã nye nyateƒe. Fukpekpe kple xaxa va dzinye, gake wò sededewo doa dzidzɔ nam. Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa, eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe. O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo, eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi. Wòe meyɔ, xɔ nam, eye malé wò ɖoɖoawo me ɖe asi. Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam, ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi. Nye ŋkuwo le te le zã blibo la katã me, be made ŋugble le wò ŋugbedodowo ŋu. Se nye gbe, le wò lɔlɔ̃ la ta, O! Yehowa, ɖe nye agbe, le wò sewo ƒe ɖoɖo nu. Ame siwo le nu vɔ̃ɖiwo ɖom la gogo, gake wodidi tso wò se la gbɔ. O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe! Wò sededewo katã hã nye nyateƒe. Mesrɔ̃ nu tso wò se la me gbe aɖe gbe ke, be èɖo wo gɔme anyi be woanɔ anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o. Ʋli tanye, eye nàɖem, kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu. Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o. O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu. Futɔ siwo ti yonyeme la sɔ gbɔ ŋutɔ, gake nyemetrɔ le wò ɖoɖowo yome o. Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo, elabena womewɔa wò nya la dzi o. Kpɔ ale si melɔ̃ wò sewoe ɖa; eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta le wò lɔlɔ̃ la ta. Wò nyawo katã nye nyateƒe, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo. Dziɖulawo tia nye agbe yome susumanɔŋutɔe, gake nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta. Mekpɔ dzidzɔ le wò ŋugbedodo la me abe ame si ke ɖe afunyinu gbogbo aɖe ŋu ene. Metsri, eye menyɔ ŋu alakpa, ke melɔ̃ wò se la. Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò se dzɔdzɔeawo ta. Ame siwo lɔ̃a wò se la, kpɔa ŋutifafa gã aɖe, eye naneke mawɔ wo woakli nu o. O! Yehowa, mele wò xɔxɔ lalam, eye manɔ wò sededewo yome. Mawɔ ɖe wò nuɖoanyiwo dzi, elabena melɔ̃ wo ŋutɔ. Mawɔ ɖe wò sewo kple ɖoɖowo dzi, elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò. O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò, tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu. Nye gbedodoɖawo nede gbɔwò; ɖem le wò ŋugbedodo la ta. Nye nuyiwo negbã go kple kafukafu, elabena èfia wò sededewom. Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu, elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe. Wò asi nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye, elabena metia wò sewo. O! Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie ŋutɔ, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ. Na manɔ agbe, ne makafu wò, eye na wò sewo nalém ɖe te. Metra mɔ abe alẽ bubu ene. Di wò dɔla la, elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/120-2f9f431c72594e2ca09e5ac793a0500e.mp3?version_id=1613,"Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam. O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me. O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò, eye nu ka wòatsɔ akpee na wò? Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti. Baba nam be mele Mesek, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me! Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa la dome wòdidi fũu akpa. Ŋutifafamee menye, gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/121-dcaaae9554de3cfb668509093c1fe771.mp3?version_id=1613,"Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu, afi ka nye xɔname atso ava? Nye xɔname atso Yehowa, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ. Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o. Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o. Yehowae nye tawòkpɔla, Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, alo ɣleti le zã me o. Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me, eye wòakpɔ wò agbe ta. Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti, fifia yi ɖase mavɔmavɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/122-e4f5c11cf557e1fe30cf05d63ad0bc30.mp3?version_id=1613,"Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.” O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu. Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene. Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu. Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo. Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie. Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.” Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.” Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/123-a111a3b268c54d8ea2567c87349c3236.mp3?version_id=1613,"Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo. Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la, nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí. O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi. Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/124-8fd33250dac7e8ec4178472af02fa4cd.mp3?version_id=1613,"Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be, “Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee, anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi, anye ne tɔ dzeagbowo kplɔ mí dzoe.” Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o. Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo. Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/125-3d0ed345f477b4cfbc73445d19d85f5e.mp3?version_id=1613,"Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene. Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la, nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae, tso fifia yi ɖe mavɔ me. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii. O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo, ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka. Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/126-011c182d0a3e442907dbefd8ddb9a9ae.mp3?version_id=1613,"Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la, míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene. Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu, eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.” Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí, eya ta dzidzɔ yɔ mía me. O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te, abe tɔʋu si le Gbegbe ene. Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la, axa nu kple dzidzɔhawo. Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/127-9277cc792528aa106ded3e2c5ab9b233.mp3?version_id=1613,"Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ. Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme. Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ. Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la, le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene. Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu. Ŋu makpe wo o, ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/128-6a4c05f3feb8eb57564b75175be4d3ce.mp3?version_id=1613,"Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi. Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome. Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae. Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze. Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/129-bfea85af3d6fd93d2c8a4a12751a8b54.mp3?version_id=1613,"Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke. Israel negblɔ be, “Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, gake womeɖu dzinye o. Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe, eye woɖe boliƒowo wodidi, gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ, etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.” Na be ame siwo katã tsri Zion la, nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene, gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge. Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo, alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o. Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, “Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/130-57c09c283c07025dd0330aeb560ca827.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke. O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli. O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te? Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo. Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm, nye luʋɔ le lalam, eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi. Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke. O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ. Eya ŋutɔ aɖe Israel tso eƒe nu vɔ̃wo katã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/131-af3fda4101a816c14d56302055562cfc.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, dada mele nye dzi me o, eye ŋku gã hã mele tanye o. Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo, alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o, gake mena nye luʋɔ zi ɖoɖoe, heli kpoo abe ale si ɖevi si ɖi no la nɔa dadaa ƒe akɔnu ene, eye nye luʋɔ le abe ɖevi si ɖi no la ene. O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔmavɔ me ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/132-1cdac911e616cb2978cbf454389e7b7f.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, ɖo ŋku David kple fukpekpe siwo katã me wòto la dzi. Eka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be, “Nyemage ɖe aƒenye me, alo aɖamlɔ nye aba dzi o. Nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃, alo nye aɖaba nadɔ akɔlɔ̃e o, va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.” Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be, “Mina míayi ɖe enɔƒe, mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ. O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ. Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu, eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.” Le David, wò dɔla ta la, mègagbe wò amesiamina la o. Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi. Nenema ke ne viwò ŋutsuwo lé nye nubabla kple nye se siwo mefia wo me ɖe asi la, ekema wo viwo anɔ wò fiazikpui dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” Elabena Yehowa tia Zion, eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be, “Esia nye nye gbɔɖemeƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, afi siae manɔ fiazikpui dzi le gli, elabena nye ŋutɔe tiae.” Matsɔ nu nyui geɖewo ayrae, eye matsɔ nuɖuɖu aɖi ƒoe na eƒe ame dahewo. Mado xɔxɔ ƒe awu na eƒe nunɔlawo, eye eƒe ame kɔkɔewo adzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta tegbetegbe. “Le afi sia, mana dzo nado na David, eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la. Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo, ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/133-deec0d4d18a4d5e564d4b135b4b27103.mp3?version_id=1613,"Aleke wohenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me! Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me, eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene, ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe eƒe awu ƒe kɔme. Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/134-9cbc63d6cc8765a849d81c5fdeb6061a.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me le zã me. Mido miaƒe asiwo ɖe dzi le kɔkɔeƒe la me, eye mikafu Yehowa. Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla, neyra mi tso Zion." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/135-051135e0709461f5304fadbfc92ef2a6.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui, mi Yehowa ƒe dɔlawo. Mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me, le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnuwo. Mikafu Yehowa, elabena Yehowa nyo; midzi ha na eƒe ŋkɔ, elabena esia vivina. Elabena Yehowa tia Yakob be wòanye ye tɔ, eye wòtia Israel be wòanye yeƒe domenyinu xɔasi la. Menya be Yehowa lolo, eye míaƒe Aƒetɔ la lolo wu mawuwo katã. Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo me kple woƒe gogloƒewo katã. Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke, edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza, eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo. Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi; amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo. O! Egipte, edɔ eƒe dzesiwo kple nukunuwo ɖo ɖe mía dome, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu. Eƒo dukɔ geɖewo ƒu anyi, eye wòwu fia sesẽwo. Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã, eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, na eƒe dukɔ Israel. O! Yehowa, wò ŋkɔ li tegbetegbe, o Yehowa, èxɔ ŋkɔ le dzidzimewo katã me. Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na eƒe dɔlawo. Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo gake womekpɔa nu o, to li na wo, gake womesea nu loo, alo gbɔna to woƒe nu me o. Ame siwo wɔ wo la anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu. O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Levi ƒe aƒe, mikafu Yehowa, eye mi ame siwo vɔ̃nɛ la, mikafu Yehowa. Woakafu Yehowa tso Zion, eya ame si nɔ Yerusalem. Mikafu Yehowa!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/136-9795dbfdb032a3bcde3927b91a3028dc.mp3?version_id=1613,"Mida akpe na Yehowa, elabena enyo. Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ame si tsɔ eƒe nugɔmesese wɔ dziƒowoe, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Ame si wɔ nu keklẽ gãwo, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Be ɣe naɖu ŋkeke dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Be ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ame si ƒo Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eye wòkplɔ Israel do goe le wo dome, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ame si ma Ƒu Dzĩ la ɖe eve, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eye wòkplɔ Israel to eƒe titina, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Ke ekplɔ Farao kple eƒe aʋakɔ la de Ƒu Dzĩ la me, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ame si kplɔ eƒe dukɔ la to gbedzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Ame si ƒo fia gãwo ƒu anyi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eye wòwu fia sesẽwo, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa kple Ɔg, Basantɔwo ƒe fia, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Domenyinu na eƒe dɔla, Israel, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ame si ɖo ŋku mía dzi, esime wobɔbɔ mí ɖe anyi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbe ɖe sia ɖe, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa. Mida akpe na Dziƒo Mawu la, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/137-6a58051f84534f4072143148e2b64ea5.mp3?version_id=1613,"Babilonia tɔsisiwo toe míenɔ, hɛnɔ avi fam, esi míeɖo ŋku Zion dzi. Míetsɔ míaƒe kasaŋkuwo ku amuti siwo le afi ma, elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia ha tso mía si le; ame siwo wɔ fu mí la bia dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be, “Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!” Aleke miadzi Yehowa ƒe hawo le dzronyigba dzi? O! Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be, eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me, ne nyemeɖo ŋku dziwò o, ne nyemebu Yerusalem, nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o. O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!” O! Babilonia vinyɔnu, woɖo wò ɖi na tsɔtsrɔ̃, woayra ame si aɖo nu si nèwɔ mí la teƒe na wò, ame si alé wò vidzĩwo axlã ɖe agakpewo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/138-b2fdb80f1494a301ee6ccf94985c3404.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo; madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume. Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ, eye makafu wò ŋkɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta, elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya gbɔ nu sia nu ta sãsãsã. Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi. O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò, ne wose wò numenya. Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo. Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge. Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam. Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa, mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/139-2a21cc9a5c25d7786e2619d2f6a89903.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke. Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi, ale nènya nye mɔwo katã nyuie. O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la, ènya nya la katã xoxo. Ètsɔm ɖe tome, le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye. Nunya sia wɔ nuku nam akpa, nyemate ŋu aɖo afi ma o, elabena ekɔkɔ nam akpa. Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi? Afi ka masi atso wò ŋkume ayi? Ne meyi dziƒo la, èle afi ma, ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma. Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi, ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la, wò asi akplɔm, eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe. Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla, eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la, viviti la gɔ̃ hã mado blukɔ na wò o, zã aklẽ na wò abe ŋkeke ene, elabena viviti le na wò abe kekeli ene. Elabena wòe wɔ nye ememe ke; eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me. Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe. Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, menya esia nyuie. Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o, esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe. Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe la, wò ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe. Ŋkeke siwo katã woɖo nam la, woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme. O! Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Wò susuwo sɔ gbɔ loo! Ne mebe maxlẽ wo la, woasɔ gbɔ wu ke. Ne menyɔ tso alɔ̃ me la, megale gbɔwò ko. O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi! Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo! Woƒoa nu tso ŋutiwò kple susu baɖa, wò futɔwo wɔa wò ŋkɔ ŋu dɔ yakayaka. O! Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo lé fu wò, eye menyɔ ŋu ame siwo tso ɖe ŋuwò oa? Fuléle koe le asinye na wo, eye mebu wo nye ketɔwoe. Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi; dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe. Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã, eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/140-f1e5e00720777aadade42674df2351f8.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta, ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me, eye wodoa aʋa gbe sia gbe. Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta, ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye. Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela O! Yehowa, megblɔ na wò be, “Wòe nye nye Mawu.” See, o Yehowa, se nye nublanuiɣli. O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe. O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o, eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o, ne menye nenema o la, woanɔ dadam. Sela Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi. Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o. Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o, eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi. Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo, eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu. Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/141-ef9a852ca64ac689dd790647899e66fb.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, mele yɔwòm, va gbɔnye kaba. Se nye gbe, ne meyɔ wò. Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ na wò abe fiẽvɔsa ene. O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu. Mègana be woahe nye dzi ɖe nu vɔ̃ɖi ŋuti, be mayi gome kpɔ ge le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me kple ŋutsu, nu vɔ̃ɖi wɔlawo o, eye mègaɖe mɔ be maɖu woƒe nuɖuɖu viviwo o. Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam, na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam. Nye ta magbe exɔxɔ o. Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa, woatutu woƒe dziɖulawo tso togbɛwo dzi aƒu agame, eye ame vɔ̃ɖiwo anya be megblɔ nye nyawo memie ɖe eteƒe. Woagblɔ be, “Abe ale si ame ŋlɔa nu hedzoboa anyigbae ene la, nenemae woakaka míaƒe ƒuwoe ɖe yɔdowo nu.” O! Aƒetɔ Yehowa, meda nye ŋkuwo ɖe dziwò, mewòe mebe ɖo, mègatsɔm na ku o. Ɖem le mɔ siwo wotre nam la me, tso mɔkli si nu tovo wɔlawo ɖo ɖi la me. Na ame vɔ̃ɖiwo naɖo woawo ŋutɔ ƒe ɖɔwo me, ne matso eme ayi le dedinɔnɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/142-5ef74b30a98112d674279d95e9634b7b.mp3?version_id=1613,"Medo ɣli na Yehowa sesĩe, eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui. Metrɔ nye nuxaxawo kɔ ɖe eŋkume, eye metrɔ nye vevesesewo kɔ ɖe eya amea gbɔ. Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam. Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ; ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. Bebeƒe aɖeke meli nam o, eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.” Ɖo to nye ɣlidodo, elabena meɖo xaxa me ŋutɔ. Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me, elabena wosesẽ nam akpa. Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/143-712e09e8907bc2278c647c15803d61c4.mp3?version_id=1613,"O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu, eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ta. Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o. Futɔ la ti yonyeme, egbãm ɖe anyigba, eye wòna menɔ viviti me abe ame siwo ku xoxo va yi la ene. Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye, eye nye dzi wɔ yaa le menye. Meɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi, hede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋuti, eye mebu nu siwo wò asiwo wɔ la ŋuti. Mekeke nye abɔwo me na wò, eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò abe kuɖiɖinyigba ene. Sela O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene. Na ŋdi natsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒe nya vɛ nam, elabena dziwòe meka ɖo. Fia mɔ si mato lam, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na. O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me, elabena mewòe mebe ɖo. Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi. O! Yehowa, le wò ŋkɔ la ta, kpɔ nye agbe ta, le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖem le xaxa me. Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo; tsrɔ̃ nye ketɔwo katã, elabena wò dɔlae menye." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/144-d2d6a0f84de7a1f31af0a7ff48d333de.mp3?version_id=1613,"Woakafu Yehowa, nye Agakpe la, ame si fia aʋawɔwɔ nye asi kple asibidɛwo. Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu, nye Mawu si me mebe ɖo, ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye. O! Yehowa, nu kae nye amegbetɔ be nètsɔ ɖe le eme nɛ kple amegbetɔvi be nèbua eŋuti? Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene. O! Yehowa, dze wò dziƒowo ne nàɖi va, eye nàka asi towo ŋu, be woatu dzudzɔ. Dɔ dzikedzo ɖa woakaka futɔwo, da wò aŋutrɔ, eye nàtsrɔ̃ wo. Do wò asi ɖa tso dziƒo nàxɔ nam, eye nàɖem tso tsi sesẽwo kple amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame. O! Mawu, madzi ha yeye na wò, matsɔ kasaŋku, ka ewo tɔ aƒo ha na wò, wò ame si na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me. Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame. Ekema mía viŋutsuwo le woƒe ɖekakpuime, anɔ abe ati siwo wode tsii nyuie ene, eye mía vinyɔnuwo anɔ abe sɔti si ŋu wota nu ɖo hetsɔ ɖo atsyɔ̃e na fiasã ene. Míaƒe avawo ayɔ fũu kple nuku vovovowo. Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo. Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ. Ale gli gbagbã maganɔ anyi o, aboyomeyiyi maganɔ anyi o, eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o. Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me; Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/145-38b420326853a7014afc2f51fbbd2507.mp3?version_id=1613,"Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la. Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Makafu wò gbe sia gbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu, elabena ame aɖeke mate ŋu anya eƒe gãnyenye ƒe goglome o. Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo na dzidzime bubu, eye woatu xo le wò nu dzɔatsuwo ŋu. Woaƒo nu le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti. Woaƒo nu le wò ŋɔdzidɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ ŋuti, eye maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo. Woaɖu wò nyuiwɔwɔ gbogboawo ƒe azã, eye woadzi ha atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti. Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla; medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi. Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame, eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ. O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò, eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi. Woaƒo nu le wò fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu, eye woagblɔ nya tso wò ŋusẽ ŋuti, ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃. Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me. Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me, eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ. Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi. Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi. Èʋu wò asiwo me, eye nètsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe nu si wòdi la nɛ. Yehowa nye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã dzi, eye wòlɔ̃a eƒe nu siwo katã wòwɔ. Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ, ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me. Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo. Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, gake atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã. Nye nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafu. Nu gbagbe ɖe sia ɖe nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/146-dd9167e392afe7a8e15b8b53f06e07ee.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. O! luʋɔnye, kafu Yehowa. Makafu Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me. Madzi kafukafuha na nye Mawu la, zi ale si mele agbe. Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o, eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea, si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o. Ne woƒe gbɔgbɔ do go le wo me la, wogatrɔna zua kewɔ, gbe ma gbe ke woƒe ɖoɖo siwo katã wowɔ la zua tofloko. Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me. Eya ame si wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, Yehowa nye nuteƒewɔla tegbetegbe. Etsoa afia na ame siwo wote ɖe anyi, eye wònaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo. Yehowae naa ablɔɖe gamenɔlawo. Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya. Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eye wònye tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo hã ta kpɔla. Ke etɔtɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo. Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/147-d06c231f0d4648adb6cb11decd60f83f.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o! Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui! Yehowa gbugbɔ tso Yerusalem du la, eye wòkplɔ Israel ƒe aboyomewo gbɔe. Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo. Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo, eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ. Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ, seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o. Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi, ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba. Midzi ha na Yehowa kple akpedada, eye miƒo ha na míaƒe Mawu la kple kasaŋku. Etsɔa lilikpo xea yamee, eye wònana tsi dzana ɖe anyigba la dzi hewɔnɛ be gbe miena ɖe togbɛwo dzi. Enaa nuɖuɖu nyiwo kple akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ. Eƒe dzidzɔ mele sɔ ƒe ŋusẽ me loo, alo amegbetɔ ƒe afɔ me o; ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi. O! Yerusalem, do Yehowa ɖe dzi, O! Zion, kafu wò Mawu la, elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo, eye wòyra ame siwo le mewò. Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi, eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe. Eɖo eƒe sedede ɖe anyigba la dzi, eye eƒe nya kaka kple du ɖo teƒewo. Ekaka tsikpe abe ɖetifu ene, eye wòkaka afu abe dzofi ene. Eɖo kpetsi ɖe anyigba abe kpekui ene. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe wò ya fafɛ la nu? Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòlolo wo. Ede ŋusẽ eƒe yawo me, eye tsiwo de asi sisi me. Eɖe eƒe nya fia Yakob eye wòɖe eƒe sewo kple sededewo fia Israel. Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o, eye womenya eƒe sewo o. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/148-456d97e1e8867fed6ae9f2f42fce1cc1.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Mikafu Yehowa tso dziƒowo, mikafui le kɔkɔƒewo le dzi me. Mi eƒe dɔlawo katã mikafui, dziƒoʋakɔwo hã mikafui. Ɣe kple ɣleti nekafui, mikafui, mi ɣletivi keklẽwo. Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui, eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui. Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ. Etsɔ wo ɖo wo nɔƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, ede se si nu mayi akpɔ gbeɖe o. Mikafu Yehowa tso anyigba, mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã. Dzikedzo kple kpetsi, tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu, mi towo kple togbɛwo katã, atikutsetsetiwo kple sedatiwo katã, gbemelãwo kple nyiwo katã, nuwɔwɔ suewo kple xe dzodzoewo, anyigbadzifiawo kple dukɔwo katã, mi dumegãwo kple dziɖula siwo katã le anyigba dzi, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui. Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi, eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame. Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ, esi nye Israel, eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu, ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/149-a0e25b6cc3b8990d34abed8bab930d85.mp3?version_id=1613,"Mikafu Yehowa. Midzi ha yeye na Yehowa, midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me. Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me, Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu. Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku. Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo. Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi. Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me, eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me, ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, eye woatsɔe ahe toe na amewo, ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ, eye woade kunyowu woƒe bubumewo, ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. Mikafu Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PSA/150-2d94f0fb5fefab78990f775f1e3303aa.mp3?version_id=1613,"Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe. Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/1-2e47588f0c658c5acbf4c5f9fa389f7e.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel. Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.” Ale Hosea yi ɖaɖe Gomer, Dioblaim ƒe vinyɔnu, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu. Gbe ma gbe la, magbã Israel ƒe ŋusẽ le Yezreel ƒe balime.” Sẽe kple sẽe la, Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loruhama, si gɔmee nye, ‘Nyemagakpɔ nublanui nɛ o,’ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel, atsɔ vɔ̃ akee o, gake makpɔ nublanui na Yuda. Nye ŋutɔ mawɔ aʋa kple woƒe futɔwo, aɖe wo le woƒe asi me, gake menye to dati, yi, aʋawɔnuwo, sɔ kple sɔdolawo dzi o, ke boŋ to Yehowa, woƒe Mawu la dzi.” Esi Gomer tso no na Loruhama vɔ la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Loami, si gɔmee nye, ‘Menye tɔnyee o,’ elabena Israel menye tɔnye o, eye nye hã nyemenye eƒe Mawu o. “Ɣeyiɣi li gbɔna esi Israel akpɔ dzidzedze, azu dukɔ gã aɖe; le ɣe ma ɣi me la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, elabena woasɔ gbɔ abe ƒutake ene! Ale be, le esi megblɔ na wo be, ‘Mienye nye dukɔ o’ teƒe la, magblɔ na wo be, ‘Mienye vinyewo, Mawu Gbagbe la ƒe viwo.’ Ekema Yudatɔwo kple Israelviwo awɔ ɖeka, eye woaɖo fia ɖeka; wo katã woatrɔ tso aboyome ɖekae, eye Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe ŋutɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/2-b7d2c9a80c5e1f779b231d00823cfa21.mp3?version_id=1613,"“Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’ “Mika mo na mia dada, elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃, eye nyemeganye srɔ̃a o. Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ, eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o. Ne egbe gale edzi la, maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama abe gbe si gbe wodzii ene, eye mana wòasɔ kple gbegbe, anɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku. Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena wonye ahasiviwo. Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo, eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be, ‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti, be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’ Ke nye la, matɔ kpɔ aƒo xlãe kple ŋutiwo; maxe mɔ nɛ, ale be magakpɔ mɔ o, eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’ Menyae be nyee naa bli, aha yeye, ami, sika kple klosalo si wòtsɔ le eƒe mawu, Baal subɔmii la ye o. “Ke azɔ la, maxɔ wain kple bli siwo menanɛ la le esi, eye maxɔ avɔ siwo katã metso nɛ be wòata la le esi. Azɔ maɖe amamae le dutoƒo be eƒe lɔlɔ̃tɔwo nakpɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã; eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã. Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo, agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye. Mana agblewo nato gbe azu ave, eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã. Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baalwo, eƒe legba Baal, eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi. Yehowae gblɔe. “Eya ta mable enu akplɔe ayi ɖe gbedzi, afi ma maƒo nu nɛ kple lɔlɔ̃gbe bɔkɔɔ le. Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.” Yehowa be, “Gbe ma gbe la ayɔm be, ‘Srɔ̃nye,’ ke menye ‘Nye Aƒetɔ’ o. Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò, eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o. Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me. Mabla wò ɖe ɖokuinye ŋu tegbee; matsɔ dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ abla wò ɖe ɖokuinye ŋu. Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu, eye àva nya Yehowa wu tsã.” Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, maɖo to dziƒowo ƒe gbe, dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe, anyigba hã aɖo to bli, aha yeye kple ami, eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe. Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/3-e70207a0a565ae419e2343f08b2202c0.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã.” Ale megbugbɔ ƒlee tso eƒe kluvinyenye me kple klosalo wuiatɔ̃ kple lu agba alafa ɖeka blaatɔ̃. Megblɔ nɛ be, “Ele be nànɔ gbɔnye ŋkeke geɖe; mègado go kple ŋutsu bubuwo alo awɔ gbolo o, ekema manye tɔwò ɖaa.” Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o! Emegbe la, woatrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, eye woayi woƒe Fia gbɔ. Woatsɔ dzodzo nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyonyo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/4-b275a94e1c9caa81fcb7a90ec523c94f.mp3?version_id=1613,"O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. Yehowa saba mi, eye nya siwo wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu megale anyigba blibo la dzi o. Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi. Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m. “Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu alo aka mo nɛ o, elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔlawo ene. Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu. Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be. Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo. Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene, eya ta ale wòle: Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. Esia ta, mahe to na nunɔlaawo kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta. “Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ, eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo. Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome. Wosaa vɔ le towo tame, eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le. “Nu ka ta nyemahe to na wo ne wole ahasi wɔm o? Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, eye wosaa vɔ kple gbolowo. Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃. “Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o. Mèganɔ abe Israel ene o, wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe damawo dzi abe alẽvi enea? Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, elabena edo ka kple legbawo. Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu vɔ la, ekema woyia gbolowo gbɔ. Woƒe kplɔlawo lɔ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ, eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/5-67569be40dd2c08e232e451d34f70aa8.mp3?version_id=1613,"“Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi kple ʋe goglo si woɖe ɖe Sitin, gake migaŋlɔ be, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la ta o. Menya Efraim nyuie, eye Israel hã meɣla ɖem o. O Efraim, ètrɔ zu gbolo, eye Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. “Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o, elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke, eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o. Israel ƒe aglãdzedze ɖi ɖase tso eŋuti le nye ʋɔnu. Efraim kple Yuda woadze anyi le woƒe nu vɔ̃ ta. Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa, gake womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ. Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo. “Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa! Woagbã Efraim gudugudu ne ʋɔnudrɔ̃gbe la ɖo. Le Israel ƒe toawo dome la, nu siwo mena wo nya la ava eme godoo. Yuda ƒe amegãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, eya ta matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi bɔbɔbɔ abe tɔɖɔɖɔ ene, eye woaŋe Efraim, agbãe gudugudu, elabena eɖoe kplikpaa be yeadze legbawo yome. Maɖu Efraim, agblẽ edome abe ale si gbagbladza ɖua avɔe ene, eye magblẽ Yuda dome abe ale si ŋɔ ɖua aŋgba ene. “Esi Efraim kpɔ eƒe dɔléle, eye Yuda hã kpɔ eƒe abiwo ta la, Efraim trɔ ɖe Asiria ŋu, eye wòdɔ ame ɖo ɖe fiagã la gbɔ, gake mate ŋu ada gbe le mia ŋu, ana miaƒe abiwo naku o. Manye dzata ɖe Efraim ŋu, eye manye dzatavi ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu. Nye, ɛ̃, nye ŋutɔ mavuvu wo ʋayaʋaya adzo; malé wo adzoe, eye ame aɖeke maxɔ wo le asinye o. Magblẽ wo ɖe aboyo me, atrɔ yi aƒe va se ɖe esime wolɔ̃ be yewodze agɔ, atrɔ ɖe ŋutinye, aɖe kuku nam, elabena ne fukpekpe dze wo dzi la, woadi nye mɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/6-96c1f027ad7c2a83b9e405a15b8a5009.mp3?version_id=1613,"“Miva, mina míatrɔ ayi Yehowa gbɔ, elabena eyae vuvu mí, eya koe ate ŋu ayɔ dɔ mi. Eyae de abi mía ŋuti, eye eyae abla abi la na mí. Le ŋkeke eve megbe la, agbɔ agbe mí, le ŋkeke etɔ̃a gbe la, aɖo mí te, eye míanɔ agbe le eŋkume! Mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mina míadze agbagba be míanyae, eye abe ale si ɣedzedze kple kelemetsi medana le edzi o ene la, nenema ke kakaɖedzi li be magbe tɔtɔ na mí o.” “O, Efraim, nu ka mawɔ na wò, O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò? Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene, elabena nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o, eye sidzedze Mawu dim mele wu numevɔsawo, gake abe Adam ene la, mietu nye nubabla la, eye miewɔ nuteƒe o. Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du, eye ʋu si woƒe afɔwo ƒo la ɖe ɖe woƒe ablɔwo dzi. Dua me nɔlawo katã nye adzoblasuwo sɔŋ, eye wode xa ɖi na ame siwo woɖo be yewoafi. Nunɔlawo ƒe hawo hã de xa ɖe Sekem mɔ dzi le amewo wum, eye wole nu vɔ̃ ƒomevi ɖe sia ɖe wɔm. Nyateƒe, mekpɔ nu dziŋɔwo le Israel. Efraim wɔ ahasi to mawu bubuwo yometiti me, eye Israel ya bliba ɖe ŋunyɔnu me. “O, Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã. “Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te," https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/7-49076fd7f935016841e5014e5b7faa90.mp3?version_id=1613,"Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi. Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm. “Wotsɔa woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ doa nukokoe na fia la, eye dumegãwo kpɔa dzidzɔ koa nu le woƒe alakpadadawo ta. Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu. Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la, dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo. Woƒe dziwo bina abe kpodzo ene, eye woyia egbɔ le ayedzedze me. Woƒe didiwo ɖea fu na wo le zã blibo la me eye le ŋdi la, wonɔna abe dzo ƒe aɖewo ene. Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene, eye wofiaa woƒe kplɔlawo. Woƒe fiawo katã mu dze anyi, gake ɖeke meyɔm kpɔ o. “Efraim tsaka kple dukɔ bubuwo, eye wòle abe abolo si mebi nyuie o la ene. Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o. Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom, gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim le gbɔdzɔgbɔdzɔm o. Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o. “Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria. Gake ne woyi la, matsɔ nye ɖɔ atsyɔ wo; maɖiɖi wo ava anyie abe xevi si le dzodzom le yame ene. Ne mese wole ƒu ƒom la, mayi aɖalé wo. Baba na mi, nye amewo, elabena miegbem; mana woatsrɔ̃ mi, elabena miedze aglã ɖe ŋutinye! Medi vevie be maɖe wo, gake woda alakpa ɖe asinye. Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme. Nyee he wo, eye mena wokpɔ ŋusẽ, gake azɔ la, wotsi tsitre ɖe ŋutinye. Wometrɔ ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu o. Wole abe dati si daa dadagbo la ene, eya ta woƒe kplɔlawo atsi yi nu ɖe nya vlo si dona le woƒe nu me la ta. Esia ta woaɖe alɔme le wo ŋuti le Egiptenyigba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/8-e52e13f69546eeb116baa2fccd98cd31.mp3?version_id=1613,"“Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu. Azɔ la, Israel le ɣli dom nam be, ‘Míaƒe Mawu, kpe ɖe mía ŋuti!’ Gake Israel gbe nu le nu si nyo la gbɔ; azɔ la, eƒe futɔwo ati eyome. Woɖo fiawo, gake womebia gbem hafi o, eye wotia dumegã siwo dzi nyemeda asi ɖo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe na wo ɖokui hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃. O Samaria, tsɔ wò nyivilegba si nèwɔ la ƒu gbe. Nye dɔmedzoe le bibim ɖe wo ŋu. Gbe ka gbe miana mia ŋuti nakɔ? Nu siawo dzɔ tso Israel, nyivilegba si gbede tu la, menye Mawu o, eya ta woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu. “Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu. Israel gbã gudugudu, ɖeko wòle dukɔwo dome abe nu maɖinu ene, elabena wodzo yi Asiria hele tsatsam abe gbetedziwo ene. Efraim tsɔ eɖokui dzra na ahiãviwo. Togbɔ be wodzra wo ɖokuiwo na dukɔwo hã la, magaƒo wo nu ƒu azɔ. Woakpe fu le fiagã la kple dumegãwo ƒe teteɖeanyi ta. “Efraim tu vɔsamlekpui geɖewo, hena nu vɔ̃ vɔsa, gake menye nyee wòtu wo na o. Wotu wo hena nu vɔ̃ wɔwɔ. Ne mede se akpe ewo nɛ hã la, ɖeko wòagblɔ be menye yee wode seawo na o, ke boŋ ame bubuwoe wode wo na. Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte. Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/9-81540db54dc5369965d98c8ff4e2a5a4.mp3?version_id=1613,"O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o, elabena miegbe miaƒe Mawu la hesa vɔ na mawu bubuwo, eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo le lugbɔƒe ɖe sia ɖe. Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o, eye woƒe aha yeye agblẽ. Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria. Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o, elabena vɔsa siwo katã woawɔ le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o; vɔsa siawo ŋuti mekɔ o, ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene, eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o. Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo, gake menye be woatsɔe asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Ekema nu ka miawɔ le ŋkeke kɔkɔewo kple Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo dzi? Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Memfis aɖi wo. Woƒe klosalonu veviwo alé ɣebia, eye aŋɔka avu atsyɔ woƒe agbadɔwo dzi. Toheɣi na Israel ɖo vɔ; nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la, Israel anya nu si wònye. Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle, eye fuléle yɔ mewò fũu ta la, nyagblɔɖila zu bometsila, eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ. Meɖo nyagblɔɖilawo be woadzɔ Efraim ŋu, gake dukɔ la xe mɔ na wo le mɔ ɖe sia ɖe nu, woɖe woƒe fulélewo fia le dutoƒo, eye wowɔ esia hã le Mawu ƒe gbedoxɔ me gɔ̃ hã. Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la, le abe movinu siwo wowɔ le Gibea gbe aɖe gbe va yi ene. Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta. “Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene. Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke. Mekpɔ Efraim, wodɔe ɖe teƒe dzeani aɖe abe Tiro ene, gake Efraim akplɔ viawo ade asi na amewula.” O Yehowa, nu ka nàtsɔ ana wò amewo? Nu siwo nàtsɔ na wo lae nye vidzidɔ si mate ŋu atsɔ fu o kple no siwo me notsi manɔ o. “Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo. Efraim, tsɔtsrɔ̃ tu wò. Israel, wò kewo katã yrɔ, màgatse ku azɔ o, eye ne èdzi vi hã la, mawu ɖevi si gbɔ womelɔ̃ nu le o.” Nye Mawu agbe Israelviwo, elabena wogbe be yewomaɖo toe o. Woazu tsatsalawo, kple aƒemanɔsitɔwo le dukɔwo dome." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/10-6d197ec7fef8f9959a9aa06af37f9bc4.mp3?version_id=1613,"Kpɔ ale si kesinɔnuwo yɔ Israel ɖa! Israel le abe wainka si vu, eye wòtse ku kplanya la ene. Ale si ke wòtse ku geɖewoe la, nenema ke wòtua vɔsamlekpuiwoe. Zi ale si meyra ɖe eƒe anyigba dzi la, zi nenema ke wòliaa legba dzɔtsuwoe. Woƒe dziwo te ɖa xaa tso Mawu gbɔ. Wodze agɔ, eya ta ele be woahe to na wo. Yehowa agbã woƒe trɔ̃ƒewo, eye wòagbã woƒe legbawo. Ekema woagblɔ be, “Fia aɖeke megale mía si o, elabena míede bubu Yehowa ŋu o. Ke ne fia le mía si hã la, nu ka wòawɔ na mí?” Wokaa atam dzodzrowo tsɔ ɖoa kpe nubabla dzii, eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ anye ɖe wo ŋuti abe ale si aɖigbe miena ɖe agble me ene. Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le woƒe nyivimawu si le Bet Aven ta. Esubɔlawo le nu xam le eta, eye vodua ƒe nunɔlawo axa nu le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ la ta. Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta. Woakplɔ Samaria kple eƒe fia adzoe abe ale si ƒutsotsoe kplɔa futukpɔ dzonae ene. Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.” “O Israel, èwɔ nu vɔ̃ tso Gibea ŋɔli ke, eye nègale ewɔwɔ dzi. Ɖe Gibea ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ mena woɖu wo dzi le aʋa me oa? Matso ɖe mia ŋuti le miaƒe tosesẽ ta; ɖe miaƒe nu vɔ̃ siwo do agba ɖe mia dzi ta la, madɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo ɖe mia ŋuti be woahe to na mi, le miaƒe nu vɔ̃ eve siwo dzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me la ta. Efraim léa be na nyiviwo nyuie, eye blinyɔnyɔ hã dzɔa dzi nɛ; azɔ la matsɔ kɔkuti ade eƒe kɔ nyuie la, eye matsi ɖe tasiaɖam ŋu, Yuda aŋlɔ agble, eye Yakob adzobo anyigba Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃; miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene, elabena azɔe nye Yehowa diɣi, be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi. Ke miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, mieɖu alakpakutsetse; elabena mieɖo ŋu ɖe miaƒe ŋusẽ kple aʋakɔ gã la ŋu. Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku. Esia anye ale si woawɔ wò, O Betel, elabena wò nu vɔ̃ɖiwo sɔ gbɔ. Le ŋdi kanya gbe ɖeka la, woaɖe Israel fia ƒe agbe ɖa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/11-a4ec5a07c56b2313faa8c6e6e220182a.mp3?version_id=1613,"“Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene. Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo. Nyee lé Efraim ƒe alɔnu hefia azɔlizɔzɔe, gake menyae be nyee kpɔ ye ta o. Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo. “Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ. Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo. Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem. Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la, womakpɔ xɔxɔ o. “O, nye Efraim, aleke mate ŋu atsɔ wò ana? Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò? Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene? Nye dzi le avi fam le menye, eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi! Gbeɖe, nyemahe to na mi abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o, eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o, elabena Mawue menye, eye menye amegbetɔe menye o. Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o. Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa. Aɖe gbe abe dzata ene. Ne eɖe gbe la, viawo atrɔ agbɔ kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe. Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene. Nenema ke woatrɔ tso Asiria abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene. Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.” Yehowae gblɔe. Efraim ƒo xlãm kple alakpa, eye Israel ƒe aƒe la ƒo xlãm kple beble. Yuda gadze aglã ɖe Mawu ŋuti, eye wòtsi tsitre ɖe anukwaretɔ kple Kɔkɔetɔ la gɔ̃ hã ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/12-ab3246ba730176b38069592bd8e00b59.mp3?version_id=1613,"Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte. Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ. Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu. Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi gɔ̃ hã. Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye. Edo go Mawu le Betel, ƒo nu kplii le afi ma. Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ si ŋkɔe nye Yehowa la ƒo nu nɛ, eya ta mitrɔ gbɔ va miaƒe Mawu la gbɔ. Minɔ agbe le nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ me, eye miɖo ŋu ɖe miaƒe Mawu la ŋu be wòawɔ nu geɖe na mi. Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba. Efraim dana gblɔna be: “Kesinɔtɔ gã aɖee menye! Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la, womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.” “Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye, eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene. Medɔ nye nyagblɔɖilawo be woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega, drɔ̃ekuku kple lododowo me.” Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã? Vavã wonye bometsilawo. Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead. Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo ali kɔe ɖe agble dzi. Yakob si yi ɖe Siria, eye Israel subɔ be yeaɖe srɔ̃, eye be yeakpɔ ga abia nyɔnu ta la, ekplɔ alẽ. Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi, eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo, gake Efraim do dɔmedzoe na Yehowa vevie. Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi, eye wòaɖo eteƒe nɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/13-06b212c7152a54f797f67a61dd776975.mp3?version_id=1613,"Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku. “Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo. Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene. “Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o. Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi. Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be, eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene. Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi. “O Israel, ètsrɔ̃ ɖokuiwò, elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu. Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi! Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me. Woƒo Efraim ƒe vodadawo nu ƒu, eye wodzra eƒe nu vɔ̃wo ɖo ɖe agbalẽ me. Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o. “Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o. “Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu le nɔviawo dome hã la, ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava. Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla. Woaha eƒe nudzraɖoƒewo, eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Samaria azu aƒedo, elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu. Woatsi yi nu, woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku, eye woako woƒe funɔwo kple yi agbagbee.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HOS/14-5c1f37e8a5a20a538ff5974f9fe3576e.mp3?version_id=1613,"O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu. Miva Yehowa gbɔ kple miaƒe kukuɖeɖe, eye miagblɔ nɛ be, “O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí. Ve mía nu nàgaxɔ mí, eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò. Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o, eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o; míagayɔ legba siwo míewɔ kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o, elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.” “Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ. Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene. Eƒe alɔdzewo atse nyuie, eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene, eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene. Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ, aʋã abe bli ene, aƒo se abe wainti ene, eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene. O Efraim! Migbe nu le legbawo gbɔ! Matɔ nɛ, akpɔ eta. Mele abe ati dama ene. Wò nuteƒewɔwɔ tso gbɔnye.” Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/1-8c9a25a9d170dd78135b2791e202eb10.mp3?version_id=1613,"Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋã Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi, eye wòaŋlɔ gbeƒãɖeɖe sia ɖe agbalẽ me be: Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe amewo, eye wole mia dome la, ate ŋu ayi Yerusalem le Yuda, eye woatu Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu si le Yerusalem ƒe gbedoxɔ la. Woƒe Mawu nanɔ kpli wo. Mikpe ɖe ame siwo katã susɔ, afi ka ke wole o ŋu kple klosalo, sika, nunɔmesiwo, lãhawo kple lɔlɔ̃nununana hena Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu le Yerusalem.” Tete ƒometatɔ siwo le Yuda kple Benyamin, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame sia ame si ƒe dzi Mawu ʋã ko la, dzra ɖo be woayi Yerusalem aɖatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la. Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu. Gawu la, Fia Sirus ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem dzoe, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe mawuxɔ me la ɖe go. Persia Fia Sirus na Mitreda, fiasãmenuwo dzikpɔla ɖe wo ɖe go, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar, mɔmefia si nɔ Yuda dzi kpɔm. Nuawo ƒe xexlẽ me yi ale: Sikanuɖugba blaetɔ̃ (30), Klosalonuɖugba akpe ɖeka (1,000), Klosalohɛ blaeve-vɔ-asiekɛ (29), Sikagagba blaetɔ̃ (30), Klosalogagba alafa ene kple ewo (410), nu bubuwo akpe ɖeka (1,000). Sika kple klosalonuwo katã le akpe atɔ̃ alafa ene (5,400). Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi, esi aboyomeawo tso Babilonia va Yerusalem." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/2-8d4e6fe59b7b18942fe1f0f72db57c00.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye. Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana: Ame siwo tso Israelviwo dome woe nye: Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172). Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve (372). Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃ (775). Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812). Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (945). Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade (760). Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642). Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃ (623). Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222). Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade (666). Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade (2,056). Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene (454). Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi (98). Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (323). Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112). Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223). Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (95). Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123). Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade (56). Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve (42). Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743). Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621). Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122). Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223). Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52). Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade (156). Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320). Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃ (725). Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345). Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630). Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973). Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052). Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247). Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017). Levitɔwo: Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene (74). Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo: Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ (139). Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye: Keros, Siaha, Padon, Lebana, Hagaba, Akub, Hagab, Salmai, Hanan, Gidel, Gahar, Reaia, Rezin, Nekoda, Gazam, Uza, Pasea, Besai, Asna, Meunim, Nefusim, Bakbuk, Hakufa, Harhur, Bazlut, Mehida, Harsa, Barkos, Sisera, Tema, Nezia kple Hatifa. Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye: Sotai, Hasoferet, Peruda, Yaala, Darkon, Gidel, Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo. Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392). Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o. Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652). Ame siawo hã tso nunɔlawo dome: Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai. Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o. Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi. Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kpe ɖe hadzila alafa eve (200) ŋuti. Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720) gbɔe. Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃ (500), klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka (100) be woatsɔ de dɔ sia me. Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/3-9f27282f01eff10b78aa5e83ab3c7fdc.mp3?version_id=1613,"Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo nɔ woƒe duwo me nyuie vɔ la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Yerusalem abe ame ɖekawo ene. Tete Yozadak ƒe vi, Yesua, nɔvia nunɔlawo kple Sealtiel ƒe vi, Zerubabel kple woƒe kpeɖeŋutɔ bubuwo dze Israel ƒe Mawu la ƒe vɔsamlekpui la ɖiɖi gɔme be woasa numevɔwo le edzi, le nu si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe ame, Mose ƒe Se la me nu. Togbɔ be wovɔ̃ na ame siwo ƒo xlã wo hã la, woɖi vɔsamlekpui la ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi, eye wosa ŋdi kple fiẽ numevɔsawo le edzi na Yehowa. Le nu si woŋlɔ ɖi nu la, woɖu agbadɔmeŋkekenyui, eye wosa numevɔ xexlẽme sinu woɖo na ŋkeke ɖe sia ɖe. Le esia megbe la, wosa gbe sia gbe numevɔsawo, Dzinu Yeye vɔsawo kple vɔsa siwo woɖo ɖi na Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe bubuwo. Nenema ke wosa vɔ siwo nye lɔlɔ̃nununana na Yehowa. Togbɔ be womeɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi haɖe o hã la, wodze vɔsasa na Yehowa gɔme le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Azɔ la, wotsɔ ga na gliɖolawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu, nunono kple ami na Sidontɔwo kple Tirotɔwo, be woatsɔ sedati lalãwo tso Lebanon ato ƒu dzi ava kɔ ɖe Yopa, le Persia fia, Sirus ƒe mɔnana nu. Le ɣleti evelia me, le ƒe evelia me esi wova ɖo Mawu ƒe aƒe la me le Yerusalem la, Sealtiel ƒe vi, Zerubabel, Yozadak ƒe vi, Yesua kple wo nɔvi bubuawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo trɔ tso aboyome va Yerusalem la, dze dɔ la gɔme. Wotia Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la be woakpɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ dzi. Yesua kple via ŋutsuwo, nɔviawo kple Kadmiel kple via ŋutsuwo, ame siwo nye Hodavia ƒe dzidzimeviwo, kpe ɖe Henadad ƒe viŋutsuwo kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo ŋu. Levitɔwo katã wɔ ɖeka le ame siwo le Mawu ƒe aƒe la tum la ƒe dɔwo dzi kpɔkpɔ me. Esi xɔtulawo ɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe vɔ la, nunɔlawo nɔ woƒe awu ʋlayawo me, lé kpẽwo ɖe asi kple Levitɔ siwo tso Asaf ƒe ƒome me, lé asiʋuiwo ɖe asi, eye woyi ɖanɔ woƒe nɔƒewo be woakafu Yehowa, abe ale si Israel fia, David ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ kafukafu kple akpedada dzi ha na Yehowa be, “Eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ na Israel li ɖaa.” Tete amehawo katã do kafukafuɣli na Yehowa sesĩe elabena woɖo Yehowa ƒe aƒe la ƒe gɔmeɖokpeawo vɔ. Ke esi nunɔla tsitsi geɖewo, Levitɔwo kple ƒometatɔwo, ame siwo kpɔ gbedoxɔ xoxo la kpɔ, eye wogakpɔ yeyea ƒe gɔmeɖoƒe la, wo katã fa avi kple ɣli, ke ame bubu geɖewo ya do dzidzɔɣli. Ame aɖeke mate ŋu ade vovototo dzidzɔɣli la kple aviɣli la dome o, elabena ameawo ƒe aseyetsotso de dzi ŋutɔ. Ale wose woƒe ɣli la le didiƒe ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/4-1e262c76cbef2a7e7cb65c947eeedc40.mp3?version_id=1613,"Esi Yuda kple Benyamin ƒe futɔwo se be ame siwo trɔ gbɔ tso aboyome la le gbedoxɔ tum na Yehowa, Israel ƒe Mawu la la, wova Zerubabel kple ƒometatɔwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be, “Mina míatui kpli mi, elabena míesubɔa miaƒe Mawu la abe miawo ke ene, eye tso Asiria fia, Esarhadon, ame si kplɔ mi va afi sia ƒe ɣeyiɣiwo me ke míesa vɔ nɛ.” Ke Zerubabel, Yesua kple Israel ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ɖo ŋu na wo be, “Miakpɔ gome le gbedoxɔ tutu na míaƒe Mawu la me o. Míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si Persia fia, Sirus de see na mí ene.” Tete ame siwo nɔ anyigba dzi ƒo xlã wo la ɖe dzi le Yudatɔwo ƒo si wɔe be wovɔ̃ na gbedoxɔ la dzi yiyi. Wona zãnu dudzikpɔlawo be woatsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woatɔtɔ woƒe ɖoɖowo me le Persia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo katã me va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɣiwo ke. Le Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, wova tso Yuda kple Yerusalem nɔlawo nu. Eye le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Bislam, Mitredat, Tabeel kple wo ŋutime bubuwo ŋlɔ agbalẽ na Artazerses. Woŋlɔ agbalẽ la kple Aramaik alfabeta ɖe Aramaikgbe me. Rehum dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai, ŋlɔ agbalẽ tsi tsitre ɖe Yerusalem ŋu na Fia Artazerses. Agbalẽa me nyawoe nye: Rehum, dudzikpɔlagã kple agbalẽŋlɔla, Simsai kple dɔnunɔla bubuwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudzikpɔla siwo kpɔa Tripoli, Persia, Erek kple Babilonia kple Elamtɔ siwo le Susa dzi, hekpe ɖe ame siwo bubutɔgã, Asurbanipal nya ɖo ɖe Samaria kple Frat tɔsisi la godo ŋu. Esia nye agbalẽ si woŋlɔ nɛ la me nya. Na: Fia Artazerses. Tso: Wò dɔla siwo le Frat tɔsisi la godo gbɔ. Fia nenyae be, Yudatɔ siwo tso gbɔwò va mía gbɔ la yi Yerusalem, eye wogbugbɔ du dzeaglã, vɔ̃ɖi la le tsotsom. Wole gliawo flɔm ɖe dzi, eye wole gɔmeɖokpe siwo gbã la ɖɔm ɖo. Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo. Azɔ la, esi wònye míaƒe dɔdeasie wònye na fiasã la, eye menyo be miazi kpi woaɖe bubu le fia la ŋu o ta la, míele gbe ɖom ɖe wò be wòanɔ nyanya na fia la, eye wòatsa le ame siwo ɖu fia do ŋgɔ na wò ƒe nyaŋlɔɖiwo me. Àkpɔe le nyaŋlɔɖiawo me be du sia nye du dzeaglã si ɖea fu na fiawo kple nutometɔwo, teƒe si aglãdzedze le tso keke blema ke. Esia tae wogbã du sia ɖo. Míena nyanya fia la be, ne wotso du sia, eye woɖɔ eƒe gliwo ɖo la, naneke magasusɔ na wò le Frat tɔsisi la godo o. Esiae nye fia la ƒe ŋuɖoɖo na agbalẽ la: Na: Rehum dudzikpɔlagã, agbalẽŋlɔla, Simsai kple woƒe kpeɖeŋutɔ siwo le Samaria kple Frat tɔsisi la godo; Medo gbe na mi, Woxlẽ agbalẽ si mieɖo ɖe mí la na mí, eye woɖe egɔme hã na mí le ŋkunye me. Meɖe gbe, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxoawo me heke ɖe eŋu be, tso gbe aɖe gbe ke la, du sia tsona ɖe fiawo ŋu, eye wònye aglãdzedze kple amemabumabu teƒe. Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo. Azɔ la, de se na ŋutsu siawo be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ, ale be womagbugbɔ du sia atso o va se ɖe esime maɖe gbe hafi. Mikpɔ nyuie be mietsɔ nya sia vevie. Nu ka wɔ miazi kpi be, ŋɔdzidodo sia nayi ŋgɔ, agblẽ fiaɖuƒe la ƒe ŋgɔyiyi me? Ke esi woxlẽ fia Artazerses ƒe agbalẽ la na Rehum, agbalẽŋlɔla Simsai kple wo ŋutime mamlɛawo la, wotso zia enumake heyi ɖe Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wozi wo dzi kple ŋusẽ be woadzudzɔ dɔ la wɔwɔ. Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/5-b9aed5aef9a29332eae1586eba7bc3d9.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Nyagblɔɖilawo Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimeviwo gblɔ nya ɖi na Yudatɔ siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, ame si nɔ wo dzi ɖum la ƒe ŋkɔ me. Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua, Yozadek ƒe vi, wogayi Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la gbugbɔtu ƒe dɔ dzi, eye Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo nɔ wo gbɔ, nɔ kpekpem ɖe wo ŋu. Le ɣe ma ɣi me la, Frat tɔsisi la godo nuto la me ƒe mɔmefia, Tatenai, Setar Bozenai kple wo ŋutimewo yi ɖabia wo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?” Wogabia wo be, “Ŋutsu siwo le teƒe sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?” Ke Yehowa ƒe ŋku nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ta kpɔm, ale womete ŋu ɖo asi wo dzi o va se ɖe esime woaŋlɔ agbalẽ na Darius, eye wòaɖo eŋu hafi woanya afɔ si woaɖe. Esia nye nu si Tatenai, Frat tɔsisi la godo ƒe mɔmefia kple Setar Bozenai kple wo ŋutimewo kpakple dɔnunɔla siwo le Frat tɔsisi la godo ŋlɔ ɖo ɖe Fia Darius. Agbalẽa me nyawo yi ale: Na: Fia Darius. Míedo gbe tɔxɛ na wò. Fia la nenyae be míegbugbɔ yi ɖe Yuda nuto la me, ɖe Mawu gã la ƒe gbedoxɔ me. Ameawo le xɔtudɔ la dzi kple kpe gãwo, eye wole ʋuƒoawo dem gliawo me. Wole dɔ la wɔm kple moveviɖoɖo, eye wòle afɔ tsɔm le woƒe kpɔkplɔ te. Míebia gbe woƒe dumegãwo be, “Ame kae ɖe mɔ na mi be miagbugbɔ gbedoxɔ sia kple xɔ sia ƒe gliwo aɖo?” Míebia woƒe ŋkɔwo hã ta ale be míaŋlɔ woƒe ŋgɔnɔlawo ƒe ŋkɔwo aɖo ɖe wò wòanɔ nyanya na wò. Esiae nye ŋuɖoɖo si wona mí: “Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔlawo míenye; míegbugbɔ le gbedoxɔ si wotu ƒe geɖewoe nye esi va yi la tum, gbedoxɔ si Israel ƒe fia xɔŋkɔ aɖe tu, wu enu, gake esi mía fofowo do dziku na dziƒo Mawu la ta la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, ame si gbã gbedoxɔ sia, eye wòɖe aboyo ameawo ɖo ɖe Babilonia. “Ke hã la, le Babilonia fia, Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Fia Sirus de se be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu. Gawu la, ena wolɔ sikanu kple klosalonu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem gbedoxɔ me tsɔ va kɔ ɖe Babilonia gbedoxɔ me la do goe. “Emegbe Fia Sirus tsɔ wo de asi na ŋutsu aɖe si woyɔna be Sesbazar, ame si wòɖo mɔmefiae la si, gblɔ de esi be, ‘Tsɔ nu siawo eye yi nàkɔ wo ɖe Yerusalem gbedoxɔ me. Gbugbɔ Mawu ƒe aƒe la tu ɖe teƒe si wònɔ tsã.’ “Ale Sesbazar sia va ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe gbedoxɔ gɔme anyi ɖe Yerusalem, eya ta tso gbe ma gbe dzi va se ɖe fifia la, wole etutu dzi, eye womekpɔ wu enu haɖe o.” Azɔ la, ne edze fia la ŋu la, nena woatsa le Babilonia ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me ne woakpɔe ɖa be vavãe fia Sirus de se aɖe nenema be woagbugbɔ Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la atu hã. Ekema fia la neɖo gbe ɖa tso eƒe nyametsotso ŋuti le nya sia me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/6-b7ed484fc711cd053b1f6d4f3ef85d24.mp3?version_id=1613,"Tete Fia Darius de se, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxo siwo wodzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la me le Babilonia. Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: Ŋkuɖodzinya: Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be: Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre. Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta. Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me. Ke azɔ la, wò, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo kple wò, Setar Bozenai kple mi woƒe dɔnunɔla siwo le nuto ma me la, migaka afɔ afi ma o. Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o. Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o. Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie. Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo. Mawu, ame si na be yeƒe Ŋkɔ nanɔ afi ma la, naɖe fia le zi dzi alo dukɔ si akɔ eƒe asi dzi be yeatrɔ sedede sia alo agbã gbedoxɔ sia le Yerusalem. Nye Darius de se sia. Ele be woawɔe kple mo vevi ɖoɖo. Le sedede si Fia Darius ɖo ɖa ta la, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo, Setar Bozeni kple wo ŋutimewo wɔ sedede la menyawo dzi kple mo vevi ɖoɖo. Ale Yuda dumegãwo yi xɔa tutu dzi, eye to Nyagblɔɖila Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimevi ƒe mawunyagbɔgblɔ me la, nuwo dze edzi nyuie. Le Israel ƒe Mawu kple Sirus, Darius kple Artazerses, Persia fiawo ƒe sededewo nu la, wowu gbedoxɔ la tutu nu. Wowu enu le dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le Fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me. Tete Israel dukɔ la katã, nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo gbɔ tso aboyome la ɖu Mawu ƒe aƒe la ŋuti kɔkɔ ƒe azã la kple aseyetsotso. Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka (100), agbo alafa eve (200) kple alẽvi alafa ene (400) sa vɔe le gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ me, eye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe Israel blibo la ta ene la, wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu sa vɔe, eye woɖo nunɔlaawo ɖe woƒe hatsotsowo me kple Levitɔwo ɖe woƒe memamawo me hena Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ le Yerusalem, ɖe nu si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ la me nu. Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, aboyometsolawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. Nunɔlaawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, ale wo katã wonɔ kɔkɔe le se la nu. Levitɔwo wu Ŋutitotolẽvi la na aboyometsolawo katã, wo nɔvi nunɔlawo kple woawo ŋutɔ ɖokuiwo. Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/7-9895e08c0bceca4af488befddfe70137.mp3?version_id=1613,"Le nu siawo megbe, le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Ezra, Seraya ƒe vi, Azaria ƒe vi, Hilkia ƒe vi, Salum ƒe vi, Zadok ƒe vi, Ahitub ƒe vi, Amaria ƒe vi, Azaria ƒe vi, Merayot ƒe vi, Zerahia ƒe vi, Uzi ƒe vi, Buki ƒe vi, Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi. Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi. Israelviwo dometɔ aɖewo, siwo dome nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔla aɖewo nɔ la va Yerusalem le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. Edze mɔ tso Babilonia le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wòva ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, elabena eƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔ edzi. Ezra tsɔ eɖokui na Yehowa ƒe Se la sɔsrɔ̃ kple emeléle ɖe asi eye nenema kee wòtsɔ eɖokui na eƒe sededewo kple ɖoɖowo fiafia le Israel. Esiae nye agbalẽ si Fia Artazerses ŋlɔ tsɔ na Ezra, nunɔla kple Sefiala, ŋutsu si bi ɖe Yehowa ƒe sededewo kple ɖoɖo siwo wòwɔ na Israel la me: Tso: Artazerses, fiawo dzi fia gbɔ, Na: Nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala: Medo gbe na wò. Azɔ la, mele se dem be, ne Israelvi aɖe si le nye fiaɖuƒe me kple nunɔla alo Levitɔ siwo di be yewoayi Yerusalem kpli wò la, woayi faa. Fia la kple eƒe aɖaŋuɖola adreawoe le dɔwòm be nàyi Yuda kple Yerusalem aɖabia gbe wo tso ale si wolé wò Mawu ƒe Se si le asiwò me la me ɖe asii. Gawu la, tsɔ klosalo kple sika siwo fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo na Israel ƒe Mawu la faa la, Mawu si ƒe nɔƒe nye Yerusalem la ɖe asi. Kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ tso Babilonia nuto la me ŋu, nenema kee nye ameawo kple nunɔlawo ƒe lɔlɔ̃nununanawo na woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ le Yerusalem. Kpɔ egbɔ be yetsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu, eye nàtsɔ wo asa vɔe le wò Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ la me le Yerusalem. Emegbe la, wò kple nɔviwò Yudatɔwo miate ŋu awɔ klosalo kple sika si susɔ la ŋu dɔ ale si dze mia ŋu le miaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu me. Tsɔ nu siwo katã wode asi na wò hena Yerusalem ƒe Mawu la hena eƒe subɔsubɔ le wò Mawu la ƒe gbedoxɔ la me. Nu bubu aɖe si hiã na wò Mawu la ƒe gbedoxɔ, si nèdi be yeaƒle la, tsɔe le fia la ƒe nudzraɖoƒe faa. Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi. Nu sia nu si Dziƒo Mawu la gblɔ da ɖi ko la, wonewɔe kple dzo na Dziƒo Mawu la ƒe gbedoxɔ. Nu ka ŋuti dziku anɔ fia la ƒe fiaɖuƒe kple via ŋutsuwo dzi? Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o. Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o. Ame si mewɔ ɖe wò Mawu la ƒe Sewo dzi alo fia la ƒe sewo dzi o la, ele be woahe to nɛ kple ku alo anyae le dua me, axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi loo, alo adee gaxɔ me. Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea, ame si trɔ eƒe amenuveve kɔ ɖe dzinye le fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kple fia la ƒe dɔnunɔla ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋkume. Esi Yehowa, nye Mawu la ƒe asi nɔ dzinye ta la, dzi ɖo ƒonye, eye meƒo ame ŋkuta siwo tso Israel la nu ƒu be woayi kplim." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/8-bc8a8967d5e4999199dbedde246675be.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye ƒometatɔ siwo trɔ gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la ƒe ŋkɔwo kple ƒometɔ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe wo gbɔ la ƒe ŋkɔwo: Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me: Gersom; Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me: Daniel; Ame siwo tso David ƒe dzidzime me: Hatus si tso Sekania ƒe dzidzime me; Ame siwo tso Paros ƒe dzidzime me: Zekaria kple ŋutsu alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe egbɔ; Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me: Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve (200) siwo kpe ɖe eŋu la; Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ (300) siwo le eŋu la; Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me: Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la; Ame siwo tso Elam ƒe dzidzime me: Atalia ƒe vi, Yesaya kple ŋutsu blaadre siwo le eŋu la; Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me: Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la; Ame siwo tso Yoab ƒe dzidzime me: Yehiel ƒe vi, Obadia kple ŋutsu alafa eve kple wuienyi (218) siwo nɔ eŋu la; Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me: Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade (160) siwo nɔ eŋu la; Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me: Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la; Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me: Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo (110) siwo nɔ eŋu la; Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me: Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la; Ame siwo tso Bigvai ƒe dzidzime me: Utai kple Zakur kple ŋutsu blaadre siwo nɔ wo ŋu la. Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o. Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo, eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me. Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi. Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve. Woawo hã kplɔ gbedoxɔmedɔwɔla alafa eve kple blaeve (220) ɖe asi, ame siwo David kple eƒe dɔnunɔlawo ɖo be woakpe ɖe Levitɔwo ŋu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi. Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ. Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.” Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu. Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu. Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la. Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu. Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la. Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.” Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem. Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi la, míedze mɔ tso Ahava tɔsisi la to ɖo ta Yerusalem. Míaƒe Mawu la ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso futɔwo kple adzohawo ƒe asime le mɔa dzi. Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃. Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti. Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me. Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa. Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/9-75d0e1522d7c2a15f81809f0001de7f0.mp3?version_id=1613,"Le nu siawo wɔwɔ vɔ megbe la, kplɔlawo va gbɔnye gblɔ nam be, “Israel blibo la, nunɔlawo kple Levitɔwo hã, meɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ bubuwo abe Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo, Moabtɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ene ƒe ŋunyɔnuwo gbɔ o. Woawo ŋutɔ ɖe woƒe nyɔnuwo na wo ɖokui kple wo viŋutsuwo, eye wotsaka dukɔ kɔkɔe la kple dukɔ siwo ƒo xlã wo, eye kplɔlawo kple amegãwoe nɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.” Esi mese nya siawo la, medze nye dziwui kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple ge eye menɔ anyi le nuxaxa me. Tete ame siwo katã dzodzonyanya lé le Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ta la va ƒo xlãm le aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ sia ta. Menɔ anyi de kɔ to kple nuxaxa nenema va se ɖe fiẽvɔsaɣi. Le fiẽvɔsaɣi la, metsi tsitre tso nye ɖokuibɔbɔ la me, dziwui kple awu ʋlaya vuvu la nɔ ŋunye, eye meyi ɖadze klo, keke nye abɔwo me do ɖe Yehowa, nye Mawu la gbɔ, hedo gbe ɖa be: “O nye Mawu, ŋu kpem eye nye mo tsi dãa ale gbegbe be nyemate ŋu awu mo dzi ɖe wò, nye Mawu la ŋuti o, elabena míaƒe nu vɔ̃wo kɔ gbɔ míaƒe tawo ŋu, eye míaƒe dzidadawo yi ɖatɔ dziƒo ke. Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene. “Ke azɔ la, le ɣeyiɣi kpui siawo me la, Yehowa, míaƒe Mawu la ve mía nu, gblẽ ame mamlɛawo ɖi na mí hena afɔɖoƒe sesẽ mí le eƒe kɔkɔeƒe la, ale míaƒe Mawu la na míaƒe ŋkuwo dzi kɔ kple gbɔdzɔe vi aɖe tso míaƒe kluvinyenye me. Togbɔ be míenye kluviwo hã la, míaƒe Mawu la megblẽ mí ɖe kluvinyenye me o. Ekpɔ nublanui na mí le Persia fiawo ƒe ŋkume. Ena agbe yeye mí be míagbugbɔ míaƒe Mawu la ƒe xɔ atu, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo. Ke eɖo dedinɔnɔ ƒe gli ƒo xlã mí le Yuda kple Yerusalem. “Ke azɔ la, O míaƒe Mawu, nu ka gblɔ ge míala le esia megbe? Elabena míegbe nu le wò sededewo gbɔ, se siwo nède to wò nyagblɔɖilawo dzi esi nègblɔ be, ‘Anyigba si dzi mieyina be miaxɔ la nye anyigba makɔmakɔ to edzinɔlawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me. Woto woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me tsɔ makɔmakɔnyenye yɔ edzii tso go ɖeka dzi, yi go bubu dzi. Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe alo aɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o. Migabla ɖekawɔwɔ ƒe nu kpli wo ɣe aɖeke ɣi o, ale be miakpɔ ŋusẽ aɖu anyigba la ƒe nu nyuiwo, eye miagblẽ wo ɖi na mia viwo, woanye domenyinu mavɔ na wo.’ “Nu si dzɔ ɖe mia dzi la nye míaƒe nu tovo wɔwɔwo kple agɔ gã si míedze la ƒe metsonu. Ke hã la, wò, míaƒe Mawu, èhe to na mí vie ko. To si nèhe na mí la le sue wu esi míaƒe nu vɔ̃wo dze na, eye nèsusɔ amewo ɖi na mí abe esiawo ene. Ɖe míagada le wò seawo dzi, ahaɖe srɔ̃ tso ame siwo wɔ ŋunyɔnu siawo domea? Ɖe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be, nàtsrɔ̃ mí eye màgble ame aɖeke ɖi alo ame ɖeka hã teti natsi agbe oa? O Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la, èle dzɔdzɔe! Wogble mí ɖi egbea abe ame siwo susɔ la ene. Míawoe nye si le ŋkuwò me le míaƒe agɔdzedze me togbɔ be, le esia ta mía dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o hafi hã.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EZR/10-cf7f4a2eaa5cbd22370f7a18ddd25064.mp3?version_id=1613,"Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko. Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu. Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.” Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la. Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu. Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame. Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta. Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi. Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.” Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene, gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me. Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.” Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo. Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me, eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu. Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia. Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome: Hanani kple Zebadia. Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia. Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa. Tso Levitɔwo dome: Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer. Tso hadzilawo dome: Eliasib. Tso agbonudzɔlawo dome: Salum, Telem kple Uri. Tso Israelvi bubuwo dome: Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome: Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya. Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome: Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya. Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza. Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome: Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai. Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot. Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome: Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase. Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon, Benyamin; Maluk kple Semaria. Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei. Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Madai, Amram, Uel, Benaya, Bedeya, Keluhi, Vania, Meremot, Eliasib, Matania, Matenai kple Yaasu. Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome: Simei, Selemia, Natan, Adaya, Maknadebai, Sasai, Sarai, Azarel, Selemia, Semaria, Salum, Amaria kple Yosef. Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome: Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya. Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/1-ca678130b340892454dbc0a56f7d9041.mp3?version_id=1613,"Le Yehowa ƒe dɔla, Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Yosua, Nun ƒe vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la bena, “Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi. Matsɔ teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la ana mi abe ale si medo ŋugbee na Mose ene. Miaƒe anyigba la akeke tso gbegbe la va ɖo Lebanon, tso Frat tɔsisi gã la to ava to Hititɔwo ƒe anyigba la katã dzi va se ɖe Domeƒu la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o. “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene. Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi. Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi. Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.” Azɔ Yosua gblɔ na aʋakplɔlawo be, “Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’ ” Yosua gblɔ na Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe to ƒe afã bena, “Miɖo ŋku nya si Mose, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na mi la dzi. Egblɔ na mi be, ‘Yehowa, miaƒe Mawu la na anyigba mi le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eya ta mia srɔ̃wo kple mia viwo kple miaƒe lãwo atsi afi sia. Ke ele na miaƒe aʋawɔlawo be woabla akpa, akplɔ ame bubuawo atso tɔsisi lae, akpe ɖe wo ŋu be, woaxɔ anyigba si le tɔsisi la godo. Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ” Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la. Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene. Ame sia ame, ame ka kee wòɖanye o, si atsi tsitre ɖe wò sewo ŋu la aku godoo, eya ta tsɔ dzideƒo kple ŋusẽ nàkplɔ mí ayii!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/2-15411484410476d5f2e35f98a0da1370.mp3?version_id=1613,"Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve, ke ame aɖewo yi ɖagblɔ na Yeriko fia be, Israelvi eve, ame siwo ɖi ŋkutsalawo la va ɖo dua me fiẽ ma. Ale fia la dɔ dɔlawo ɖo ɖe Rahab be, “Ɖe asi le amedzroawo ŋu, elabena ŋkutsalawo wonye, eye Israelviwo ƒe kplɔlawoe ɖo wo ɖa be woadi mɔ nyuitɔ si dzi woato aho aʋa ɖe mía ŋu.” Ke Rahab ɣla amedzroawo, eye wògblɔ be, “Ameawo nya va afi sia do ŋgɔ na mi, gake nyemenya ne ŋkutsalawo wonye o. Wodzo esi xexea me de asi tsyɔtsyɔ me, eye wòsusɔ vie woatu dua ƒe agbowo. Nyemenya afi si woyi o, ne mieɖe abla la, ɖewohĩ miatu wo!” Nu si Rahab wɔe nye, ekplɔ ameawo yi xɔta, eye wòɣla wo ɖe ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la te. Ale dɔlawo di wo yi keke Yɔdan tɔsisi la to. Esi dɔlawo dze mɔ ko la, wotu dua ƒe agbowo. Hafi woamlɔ anyi la, Rahab yi ɖagblɔ na amedzroawo be, “Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame, elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi. Nu sia ta míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ! Nya siawo sese ɖe dzi le mía ƒo, elabena Yehowa, miaƒe Mawue nye Mawu gã le dziƒo, eye menye mawu dzodzro aɖeke o. Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene, be miaɖe fofonye kple danye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo ƒe agbe kpe ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu, eye be míaɖe mí tso ku me.” Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie. Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo. Rahab gblɔ na ŋkutsalawo be, “Misi yi toawo dzi. Minɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo le mia dim la natrɔ agbɔ, ekema miate ŋu atrɔ adzo azɔ.” Ŋutsuawo gblɔ nɛ be, “Atam si nèna míeka fifia la, mabla mí o, negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o. Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti. Ke ne ègblɔ nu si wɔm míele la na ame aɖe la, atam si nèna míeka la, mabla mí o.” Rahab gblɔ na wo bena, “Melɔ̃ ɖe miaƒe ɖoɖo siawo dzi abe ale si miegblɔe ene.” Ale wòɖe asi le wo ŋu woyi. Ke etsi ka dzĩ la ɖe fesreti la ŋu. Ŋkutsalawo yi toawo dzi, eye wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo nɔ wo yome tim la di wo le afi sia afi le mɔa dzi do kpoe, eye wotrɔ gbɔ va dua me. Ŋkutsala eveawo ɖi tso toawo dzi, eye wotso tɔsisi la. Wogblɔ nya sia nya si dzɔ la na Yosua, Nun ƒe vi. Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/3-335fc42dc8d4e1797b2d6bcc1c25e39b.mp3?version_id=1613,"Yosua kple Israelviwo katã fɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ tso Sitim va ɖo Yɔdan tɔsisi la to le fiẽ me. Wotsi afi ma dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi tso tɔsisi la. Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, kplɔlawo tsa le asaɖa la me, eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome. Mieva afi sia kpɔ o, eya ta nunɔlawo afia afi si miayi la mi, gake migate ɖe nubablaɖaka la ŋu kplikplikpli o; mina dometsotso abe kilomita ɖeka ene nanɔ miawo kple nubablaɖaka la dome. Mikpɔ egbɔ be yewomete ɖe eŋu wu nenema o.” Yosua gblɔ na ameawo be, “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti, elabena etsɔ la, Yehowa le nukunu gã aɖe wɔ ge.” Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Made bubu gã aɖe ŋuwò egbe ale be, Israelviwo katã nanya be meli kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Gblɔ na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woatɔ ɖe tɔsisi la nu.” Yosua ƒo ƒu Israelviwo katã nu, eye wògblɔ na wo be, “Miva miase nya si Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ. Egbe la, miadze sii kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòanya Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, kple Yebusitɔwo le anyigba si xɔ ge míala fifia la dzi. Mibu eŋu kpɔ! Mawu, ame si nye Aƒetɔ na xexea me katã la ƒe nubablaɖaka akplɔ mí atso tɔsisi lae! “Fifia la, mitia ame wuieve, ame ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me hena dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ. Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.” Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo. Azɔ Yɔdan tɔsisi la ɖɔ, gbagba le nuŋeɣi katã, gake esi nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la ɖo Yɔdan tɔsisi la nu, eye woƒe afɔ ka tɔsisi la to teti ko la, dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa. Nunɔla siwo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi le Yɔdan tɔsisi la titina, ale Israelviwo katã tso eme va se ɖe esime dukɔ blibo la tso tɔsisi la le anyigba ƒuƒu dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/4-54614240206cc6169db61c5e81afb883.mp3?version_id=1613,"Esi ameawo katã tso tɔsisi la dedie la, Yehowa gblɔ na Yosua bena, “Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me, eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.” Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me, eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu. Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la, miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.” Israelviwo wɔ abe ale si Yosua ɖo na wo ene pɛpɛpɛ. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la titina, kpe ɖeka ɖe to ɖeka ɖe sia ɖe nu, abe ale si Yehowa ɖo na Yosua ene tututu. Wokɔ kpeawo yi afi si woƒu asaɖa anyi ɖo le zã ma me hewɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe afi ma. Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe. Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me. Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo. Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene. Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo. Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Yehowa gblɔ na Yosua be wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me. Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi, eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene. Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la me tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi ma. Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la, miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi! Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi! Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/5-561691696009b047e5026884be9d1e16.mp3?version_id=1613,"Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ kpe nàwɔ hɛwo, eye nàtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã.” Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la dzi, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã le Aralɔt togbɛ la gbɔ. Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte. Wotso aʋa na ame siwo katã do go tso Egipte, ke wometsoe na ame siwo katã wodzi le gbea dzi esi wodo go tso Egipte la o. Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o. Ale Yosua tso aʋa na wo viŋutsuwo, ame siwo tsi va xɔ ɖe wo fofowo teƒe la azɔ. Esi wotso aʋa na ŋutsuawo vɔ la, dukɔ blibo la tɔ ɖe asaɖa la me va se ɖe esime abiawo ku. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.” Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ. Gbe ma gbe ƒe fɔŋlie nye ŋkeke gbãtɔ si dzi woɖu nukuwo tso Kanaanyigba la dzi; woɖu bli meme kple amɔ maʋamaʋã. Esi ŋu ke la, mana megadza o, eye womegakpɔe kpɔ va se ɖe egbe o! Eya ta tso gbe ma gbe dzi la, woɖua Kanaanyigba dzi nukuwo. Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?” Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ nɛ be, “Ɖe wò afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!” Yosua wɔ nu si Aʋafia la ɖo nɛ, heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/6-09c1be898022b938eef08a7f4357d6c2.mp3?version_id=1613,"Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi! Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum. Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.” Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.” Ale wòɖe gbe na ameawo be, “Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la.” Esi Yosua ƒo nu na ameawo vɔ la, nunɔla adre siwo lé kpẽ adre ɖe asi le Yehowa ŋkume la zɔ ɖe ŋgɔgbe henɔ woƒe kpẽawo kum, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la kplɔ wo ɖo. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la dze ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpeawo kum, eye ame mamlɛawo dze nubablaɖaka la yome. Kpẽawo nɔ ɖiɖim esi wonɔ nu siawo katã wɔm. Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Migado aʋaɣli o, migakɔ miaƒe gbewo dzi o, eye migagblɔ nya aɖeke o va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be mido ɣli, ekema miado ɣli!” Ale wòna wokɔ Yehowa ƒe aɖaka la ƒo xlã du la zi ɖeka. Tete ameawo gbugbɔ yi asaɖa la me, eye wotsi afi ma dɔ. Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre siwo si kpẽawo le la, dze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la, eye wonɔ kpẽawo kum. Aʋawɔla aɖewo dze ŋgɔ na nunɔlaawo, eye mamlɛawo kplɔ nubablaɖaka la ɖo, le esime kpẽawo ganɔ ɖiɖim ko. Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia ƒe fɔŋli la, wogadze mɔ, ke azɔ ya la, womegaƒo xlã du la zi ɖeka ko o, ke boŋ woƒo xlãe zi adre. Esi woƒo xlã du la zi adrelia la, nunɔlaawo ku kpẽawo sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe. Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Ɣli neɖi! Yehowa tsɔ du sia na mí!” Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo. Migaha naneke o, elabena ele be miatsrɔ̃ nu sia nu gbidigbidi. Ne miewɔ alea o la, dzɔgbevɔ̃e ava Israel dukɔ blibo la dzi. Ke woƒe klosalo kple sika katã kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ la, woakɔ wo ŋu na Yehowa, eya ta mitsɔ wo va de Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la me.” Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la. Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ. Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be, “Miwɔ miaƒe ŋugbedodo dzi. Miyi miaxɔ Rahab, gbolo la kple ame siwo katã le eƒe aƒe me la ɖe agbe.” Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo. Wotɔ dzo du la kple nu siwo katã le eme la negbe klosalo kple sika kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ ko wolɔ yi ɖada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe. Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko. Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be, “Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la, fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume. Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe, eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.” Ale Yehowa nɔ kple Yosua, eye eƒe ŋkɔxɔxɔ kaka ɖe anyigba blibo la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/7-946169860a2d718f0076cf9ef1b83689.mp3?version_id=1613,"Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Ŋkutsalawo trɔ gbɔ va gblɔ na Yosua be, “Ai nye du sue aɖe ko, míaƒe aʋawɔla akpe eve alo akpe etɔ̃ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ du la bɔbɔe, eya ta mehiã be mí katã míayi o.” Ale woɖo aʋawɔla abe akpe etɔ̃ ene ko ɖa. Ke woɖu Israelviwo dzi bɔbɔe; wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ. Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ. Yosua do ɣli na Yehowa be, “Oo, Yehowa, nu ka ta nèkplɔ mí va tso Yɔdan tɔsisi la be Amoritɔwo nawu mí? Nu ka ta míekpɔ ŋudzedze le nu si nɔ mía si la ŋu o? Nu ka ta míetsi tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o? Oo, Yehowa, nu ka mawɔ azɔ esi Israel si le eƒe futɔwo nu? Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?” Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale? Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome. Esia ta wole Israelviwo dzi ɖum ɖo, eya ta wò aʋawɔlawo le sisim le woƒe futɔwo nu, elabena fiƒode le wo dzi. Nyemaganɔ mia dome azɔ o, negbe ɖeko miaɖe busunu si le mia dome la ɖa hafi. “Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome. “ ‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka. Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ” Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi. Yosua kplɔ Yuda ƒe hlɔ̃wo vɛ ɖekaɖeka, eye wòtɔ asi Zera ƒe hlɔ̃ la dzi. Wokplɔ ƒome siwo tso Zera ƒe hlɔ̃ me la va Yehowa ŋkume ɖekaɖekae, eye wòtɔ asi Zabdi ƒe ƒome la dzi. Ale mlɔeba la, wokplɔ Zabdi ƒe ŋutsuwo vɛ ɖekaɖeka, eye wokpɔ be fiafitɔ lae nye Akan, Karmi ƒe vi. Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.” Akan ɖo eŋu be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu. Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.” Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene. Wolɔ nuawo katã va da ɖe anyigba le Yosua ƒe afɔ nu. Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime. Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.” Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo, eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/8-fa01fe8e577d0fca493fe9d0fee7bf11.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi. Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.” Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me; egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.” Egagblɔ na wo be, “Ne míaƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa ɖe Aitɔwo ŋu la, Aitɔwo ado go ava kpe mí na aʋawɔwɔ abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene. Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’ Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí. Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.” Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai. Yosua kple aʋawɔla siwo nɔ eŋu la yi ɖe dua ƒe agbo gãtɔ gbɔ, woƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe lɔƒo, eye balime aɖe nɔ asaɖa la kple Ai du la dome. Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome. Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me. Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o. Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene. Ale Ai fia ɖe gbe na eƒe asrafo siwo katã nɔ dua me la be woati Israelviwo yome. Ale dutaʋlilawo vɔ le dua me; asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema. Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe. Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ. Yosua kple Israelviwo katã kpɔ be yewoƒe amewo xɔ dua, eye wotɔ dzoe, eya ta wotrɔ hede asi Aitɔwo wuwu me. Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o, negbe Ai fia, ame si wolé kplɔ vɛ na Yosua. Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me. Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe. Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa. Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo. Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe. Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe. Le esia megbe la, Yosua tu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖe Ebal to la gbɔ abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Yosua ŋlɔ Mose ƒe Se Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe kpeawo dzi le Israelviwo ŋkume. Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene. Yosua xlẽ yayranya kple fiƒodenya siwo katã Mose ŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Segbalẽ la me la na wo. Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/9-398e6de40539137c5a48fef98a33474e.mp3?version_id=1613,"Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. Dukɔ siawo ƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka enumake hena aʋawɔwɔ kple Yosua kple Israelviwo. Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai. Eya ta woɖo be yewoaflu Yosua. Wodo agba na woƒe tedziwo kple kotoku xoxowo kple waingolo vuvuwo. Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu. Esi wova ɖo Israelviwo ƒe asaɖa me le Gilgal la, wogblɔ na Yosua kple Israelviwo be, “Míetso teƒe didi aɖe; míedi be míawɔ ŋutifafa kpli mi.” Israelviwo gblɔ na Hivitɔ siawo be, “Aleke míawɔ hafi anya be menye teƒe kpui aɖee mietso o? Ne mietso kpuiƒe la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kpli mi o.” Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.” Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?” Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu, eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’ Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu. Waingolo siawo nye nu yeyewo, ke fifia la, wodo xoxo hevuvu. Míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le mɔzɔzɔ la ƒe didi kple sesẽ ta.” Amedzroawo na nuɖuɖu Israelviwo, eye woxɔe abe ɖekawɔwɔ ƒe dzesi ene le esime womebia Yehowa gbã tso eŋu o. Yosua wɔ ŋutifafa ƒe nubabla kple Gibeontɔwo, eye wòna be woatsi agbe. Israelviwo ƒe kplɔlawo do ŋugbe be yewoawɔ ɖe nubabla la dzi. Nyateƒe la va dze go le ŋkeke etɔ̃ megbe be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe te ɖe Israelviwo ŋu kpokploe. Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim, Ke Israelviwo metsrɔ̃ duawo o le adzɔgbe si Israelviwo ƒe kplɔlawo ɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la ta. Israelviwo do dɔmedzoe ɖe woƒe kplɔlawo ŋu le ŋutifafa ƒe nubabla la ta. Kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeka atam le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me be míawɔ nuvevi wo o, eya ta míaka asi wo ŋu hã o. Ele be míana woanɔ agbe, elabena ne mietu míaƒe atam la la, Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu.” Ale Gibeontɔwo zu kluviwo na Israelviwo, wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na wo. Yosua yɔ Gibeon ƒe kplɔlawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta mieble mí be miaƒe anyigba le didiƒe, le afi aɖe ke, le esime wònye ele kpuiƒe, afi sia ko le mía dome ɖo? Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.” Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo. Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.” Yosua meɖe mɔ na Israelviwo be woawu Gibeontɔwo o, ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/10-d1d5773d5fe51f8dcb6e28b7d5337eab.mp3?version_id=1613,"Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la, vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo, eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir. Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.” Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu. Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.” Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.” Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi. Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda. Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi. Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!” Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene! Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel. Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal. Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda. Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la, eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me. Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.” Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me. Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o. Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ. Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ. Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo. Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.” Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ. Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe. Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o. Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna. Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene. Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi. Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene. Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la. Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu. Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene. Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron. Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o. Wotrɔ azɔ yi Debir. Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene. Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene. Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon. Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo. Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/11-b17237e79b00fc667f364349f2c1fabf.mp3?version_id=1613,"Esi Yabin, Hazor fia se ale si Israelviwo nɔ dukɔwo dzi ɖum la, eɖo du ɖe Yobab, Madɔn fia kple Simron fia kple Aksaf fia, kple fia siwo nɔ tonyigba la dzi le dziehe le Araba, le Kineret kple esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Galilea ƒu la ƒe dziehe kple fia siwo nɔ ɣetoɖoƒetogbɛwo dzi le ƒuta, te ɖe Nafɔt Dor ŋu. Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi. Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Woƒu asaɖa anyi ɖe Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ aʋakɔ gã sia o, elabena etsɔ hafi ɣelawoɣi naɖo la, wo katã woazu nu kukuwo le Israel ŋgɔ! Gbã la, tu woƒe sɔwo ƒe atawo, eye nàtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo!” Yosua kple eƒe amewo va dze futɔwo dzi le vo me le Merɔn tsi dzidzi la gbɔ. Yehowa tsɔ aʋakɔ gã ma de asi na Israelviwo, eye wonya wo va se ɖe keke Sidon du gã la me kple Misrefat Maim heyi Mizpa balime le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Futɔwo dometɔ aɖeke metsi agbe o. Yosua kple eƒe amewo tu ata na futɔwo ƒe sɔwo, eye wotɔ dzo woƒe tasiaɖamwo abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia. Wowu ame sia ame le Hazor du la me, eye wotɔ dzo du la. Yosua dze fia mamlɛawo ƒe du bubuawo dzi. Wowu ameawo katã abe ale si Mose gblɔe da ɖi xoxo la ene. Ke Yosua metɔ dzo du siwo nɔ togbɛwo dzi la ya o, negbe Hazor ko. Israelviwo ha du siwo wotsrɔ̃ la ƒe nuwo kple lãwo na wo ɖokuiwo, ke wowu amegbetɔwo katã, elabena nenemae Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, eya hã gblɔ ɖoɖo ma na Yosua, eye eya hã wɔ nu si wogblɔ nɛ. Yosua wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi. Ale Yosua ɖu anyigba blibo la dzi. Exɔ Negeb kple Gosenyigba kple Araba kple Israel ƒe tonyigbawo kple sɔsɔeƒewo. Ale Israelviwo ƒe anyigba keke azɔ tso keke Halak to la gbɔ te ɖe Seir ŋu yi Baal Gad le Lebanon ƒe balime le Hermon to la te. Yosua wu teƒe mawo ƒe fiawo katã. Yosua tsɔ ƒe adre wɔ nu siawo katã. Israelviwo mewɔ ŋutifafa kple du aɖeke me tɔwo o, negbe Hivitɔ siwo nɔ Gibeon ko. Wowu ame bubuawo katã, elabena Yehowa ɖo be dukɔ mawo nadi be yewoawɔ aʋa boŋ kple Israelviwo ɖe ŋutifafawɔwɔ teƒe. Eya ta wotsrɔ̃ wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Le ɣeyiɣi sia me la, Yosua tsrɔ̃ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ tonyigbawo dzi le Hebron, Debir, Anab, Yuda kple Israel. Ewu wo katã keŋkeŋ, eye wòtsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi. Wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israelnyigba dzi o, ke ɖewo ganɔ Gaza, Gat kple Asdod. Ale Yosua xɔ anyigba blibo la abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Etsɔe na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae ɖe toawo dome. Ale aʋawɔwɔ nu tso le anyigba la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/12-079f427cca7516e7bc454a12f4923793.mp3?version_id=1613,"Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo: Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me. Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te. Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi. Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ ame siawo xoxo, eye Mose tsɔ anyigba la na Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã. Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo. Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã. Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi: Yeriko fia ɖeka, Ai, si te ɖe Betel ŋu fia ɖeka, Yerusalem fia ɖeka, Hebron fia ɖeka, Yarmut fia ɖeka, Lakis fia ɖeka, Eglon fia ɖeka, Gezer fia ɖeka, Debir fia ɖeka, Geder fia ɖeka, Horma fia ɖeka, Arad fia ɖeka, Libna fia ɖeka, Adulam fia ɖeka, Makeda fia ɖeka, Betel fia ɖeka, Tapua fia ɖeka, Hefer fia ɖeka, Afek fia ɖeka, Lasarɔn fia ɖeka, Madɔn fia ɖeka, Hazor fia ɖeka, Simrɔn Merɔn fia ɖeka, Aksaf fia ɖeka, Taanak fia ɖeka, Megido fia ɖeka, Kedes fia ɖeka, Yokneam le Karmel fia ɖeka, Nafɔt Dor le ƒuta fia ɖeka. Goim le Gilgal fia ɖeka kple Tirza fia ɖeka. Ale wotsrɔ̃ fia blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ kple woƒe duwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/13-9380b4dd531423ea5b3f08f5db3c895b.mp3?version_id=1613,"Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu. “Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye: “Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe; Kanaantɔwo ƒe anyigba la katã gali kpe ɖe Ara, si nye Sidontɔwo tɔ heyi keke Afek le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi ŋu. Gebalitɔwo ƒe anyigba kple Lebanonyigba blibo la ɖo ta ɣedzeƒe, tso Baal Gad, si le Hermon to la ƒe anyigbeme heyi Hamat mɔ la nu. “Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene, eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.” Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo. Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon. Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si ƒe fiadu nye Hesbon la ƒe duwo hã nɔ anyigba la me, eye wòtso eme yi keke Amon ƒe liƒowo dzi. Gilead kple anyigba si nye Gesuritɔwo kple Makatitɔwo tɔ kple Hermon to la, Basan to la kple Saleka du la kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi. Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe. Ale si woma anyigba na Israel ƒe to vovovoawo la yi ale: Levitɔwo: Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, ke boŋ etsɔ vɔsanu siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la na wo. Ruben ƒe to: Mose na anyigba Ruben ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me la ƒe agbɔsɔsɔ nu. Ruben ƒe viwo ƒe anyigba tso Aroer le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga, dze le Arnon du si le balime la ƒe titina la ŋu va dze le Medeba ƒe togbɛwo ŋu. Du siwo nɔ afi ma la woe nye Hesbon kple du bubu siwo le gbadzaƒe: Dibon, Bamɔt Baal, Bet Baal Meon, Yaza, Kedemot, Mefaat, Kiriataim, Sibma, Zeret Sabar si le to aɖe dzi le balime la tame, Bet Peor, Bet Yesimot kple Pisga to la kɔgo. Du siwo nɔ togbɛwo dzi kple Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe me la hã nɔ Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sixɔn nye Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Hesbon. Mose wu Fia Sixɔn kple Midian fia bubu siawo: Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. Israelviwo hã wu afakala Balaam si nye Beor ƒe vi la hã. Yɔdan tɔsisi lae nye Ruben ƒe viwo ƒe anyigba la ƒe liƒo le ɣedzeƒe lɔƒo. Gad ƒe to: Mose na anyigba Gad ƒe viwo ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me ƒe agbɔsɔsɔ nu. Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me. Anyigba la gatso Hesbon yi Ramat Mizpa kple Betonim, eye wògatso Mahanaim yi Lo Debir. Teƒe siwo le anyigba sia me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime la woe nye: Bet Haram, Bet Nimra, Sukɔt, Zafɔn kple Fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe anyigba mamlɛa. Anyigba la ƒe liƒo le ɣetoɖoƒe lae nye, Yɔdan tɔsisi la yi anyigbeme va ɖo keke Galilea ƒu la ƒe dzigbeme. Esiawoe nye du siwo wotsɔ na ƒome siwo le Gad ƒe to la me abe woƒe domenyinu ene. Mose na anyigba Manase viwo ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒomewo nu. Ena anyigba wo tso Mahanaim. Basan blibo si nye Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe kple Yair kple Basan ƒe du blaade nɔ to sia ƒe anyigba me. Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã. Esiawoe nye anyigba siwo wotsɔ na Manase ƒe vi Makir ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒome nu. Aleae Mose ma anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ameawo ƒu asaɖa anyi ɖo ɣe ma ɣi le Yeriko gbɔ. Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, elabena abe ale si wòɖe eme na woe ene la, Yehowa Mawu lae nye woƒe domenyinu, Yehowa koe nye nu si wohiã. Yehowa ŋutɔ akpɔ wo ta abe ale si dze ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/14-d9a787111fb780c87c948396c46646ca.mp3?version_id=1613,"Esiae nye ale si woma Kanaanyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na Israelviwoe. Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun ƒe vi kple Israel ƒe towo ƒe ƒomewo ƒe kplɔlawo ma anyigba la na ameawo. Abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la, woda akɔ hena anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la mama ɖe Israel ƒe to asiekɛ kple afã mamlɛawo dome. Mose tsɔ to eve kple afã ƒe domenyinu na wo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, ke mena domenyinu aɖeke Levitɔwo ɖe ame bubuawo dome o, elabena Yosef ƒe viwo va zu to eve, siwo nye Manase kple Efraim. Womema anyigba na Levitɔwo o, ke boŋ du siwo me woanɔ kple lãnyiƒewo ko wona wo. Ale wowɔ se si Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ le anyigba la mama me. Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia? Mexɔ ƒe blaene ɣe ma ɣi. Mose dɔ mí tso Kades Barnea be míatsa ŋku le Kanaanyigba la dzi. Esi míegbɔ la, megblɔ nu si mekpɔ tututu la nɛ, ke nɔvinye ŋkutsala bubuawo ya do vɔvɔ̃ na ameawo, eye woɖe dzi le wo ƒo dzodzro le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Zi ale si menɔ Yehowa, nye Mawu, yome ta la, Mose gblɔ nam be, ‘Kanaanyigba la ƒe akpa si dzi miele la, azu wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe.’ “Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃, gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene, eya ta mele bia wòm be nàtsɔ tonyigba si ŋugbe Yehowa do nam la nam. Èɖo ŋku edzi be le míaƒe ŋkutsatsa me la, míekpɔ Anakviwo wonɔ du gã siwo woɖo gli ƒo xlãe la me. Ke ne Yehowa li kplim la, manya wo ɖa le anyigba la dzi.” Yosua yra Kaleb, Yefune vi, eye wòtsɔ Hebron du la nɛ abe eƒe domenyinu ene. Hebron ganye Kaleb, si nye Yefune, ame si hã nye Kenizitɔ la ƒe vi ƒe dzidzimeviwo tɔ va se ɖe egbe, elabena Kaleb ɖo to Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/15-e4a04df59c2c8232332df2a378a7a69a.mp3?version_id=1613,"Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo. Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka, eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo. Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu. Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le, hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ. Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel. Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme. Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim) ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu. Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to. Ke ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo. Esia nye Yudaviwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu. Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb. Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi, eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me. Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a. Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?” Axsa ɖo eŋu be, “Na nu bubu aɖem, elabena anyigba si nènam la nye gbegbe sɔŋ! Na teƒe si tsi le lam.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo si le to dzi kple balime la nɛ. Esiae nye anyigba si wona Yuda ƒe viwo. Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye: Kabzeel, Eder, Yagur, Kina, Dimona, Adada, Kedes, Hazor, Itnan, Zif, Telem, Bealot, Hazor Hadata, Keriot Hezron (si nye Hazor), Aman, Sema, Molada, Hazar Gada, Hesmon, Bet Pelet, Hazar Sual, Beerseba, Biziotia, Baala, Im, Ezem, Eltolad, Kesil, Horma, Ziklag, Madmana, Sansana, Lebaot, Silhin, Ain kple Rimon. Du siawo katã de blaeve-vɔ- asiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. Du siwo wotsɔ na Yuda ƒe viwo le gbadzaƒe la woe nye: Estaol, Zora, Asna, Zanoa, En Ganim, Tapua, Enam, Yarmut, Adulam, Soko Azeka, Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. Wogatsɔ du wuiade kple woƒe kɔƒewo na Yuda ƒe viwo. Du siawoe nye: Zenan, Hadasa, Migdal Gag, Dilean, Mizpeh, Yɔkteel, Lakis, Bozkat, Eglon, Kabon, Lahmas, Kitlis, Gederot, Bet Dagon, Naama, Makeda, Libna, Eter, Asan, Yefta, Asna, Nezib, Keila, Akzib kple Maresa. Du siawo le asiekɛ kple wo ŋu kɔƒeduwo. Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me. Liƒo la gatso Ekron yi ɖatɔ Domeƒu la, eye du kple kɔƒe siwo te ɖe Asdod ƒe liƒo ŋu la hã le anyigba la me kpe ɖe Asdod du la kple eƒe kɔƒewo, Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu. Wogatsɔ du blaene-vɔ-ene siawo kple wo ŋu kɔƒewo le tonyigba la dzi hã na Yuda ƒe viwo: Samir, Yatir, Soko, Dana, Kiriat Sana (si nye Debir), Anab, Estemo, Anim, Gosen, Holon, Giloh, Arab, Duma, Esam, Yanim, Bet Tapua, Afeka, Humta, Kiriat Arba (alo Hebron) kple Zior. Dus siawo le asieke kple woƒe kɔƒeduwo. Maon, Karmel, Zif, Yuta, Yezreel, Yokdeam, Zanoah, Kain, Gibea kple Timna. Du siawo le ewo kple woƒe kɔƒeduwo. Halhul, Bet Zur, Gedor, Maarat, Bet Anot, Eltekon. Du siawo le ade kple woƒe kɔƒeduwo. Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo. Bet Araba, Midin, Sekaka, Nibsan, Dzedu la kple En Gedi. Du ade kple woƒe kɔƒeduwo. Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/16-2a420b64fbb638bc98e4078ce871a9b0.mp3?version_id=1613,"Yosef ƒe vi siawo, ame siwo nye Efraim kple Manase ƒe viwo la, ƒe anyigba dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le Yeriko, to gbegbe la va yi tonyigba la dzi le Betel, to afi ma yi Luz kple Atarɔt le Arkitɔwo ƒe anyigba dzi, ɖo ta ɣetoɖoƒe, yi Yafletitɔwo ƒe liƒo dzi, yi keke Bet Horon le gbadzaƒe, to Gezer heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esiae nye anyigba si Yosef ƒe viwo, Manase kple Efraim woxɔ. Esiae nye Efraim ƒe viwo ƒe anyigba le woƒe ƒome nu. Efraim ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo tso Atarot Ada ɖo ta ɣedzeƒe heyi Bet Horon le toawo dzi, eye wòtso afi ma yi Domeƒu la ŋu. Mixmetat nɔ eƒe anyiehe lɔƒo. Liƒo la bi ɖo ta ɣedzeƒe; edze le Taanat Silo ŋu le Yanoa ƒe ɣedzeƒe hetrɔ yi anyigbeme, yi Atarɔt kple Naara, ɖatɔ Yeriko, eye wòwu nu ɖe Yɔdan tɔsisi la nu. Eƒe ɣedzeƒeliƒo ƒe afã le dzigbeme gome tso Tapua, to Kana tɔʋu la ŋu yi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Efraimviwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu. Wotsɔ du aɖewo tso Manase to la ƒe afã ƒe anyigba dzi hã na Efraim ƒe viwo. Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/17-564d1d3bd435473475dbd36facd7d71e.mp3?version_id=1613,"Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo, eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me. Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene. Le esia ta la, Manase xɔ mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan ŋu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe esi wona anyigba eƒe dzidzimevi siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ta. Wotsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe dzidzimevi bubuawo. Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ. Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ. Manase ƒe viwo ƒe liƒo la to Tapua ƒe vudo la ŋu to Kana tɔʋu la ƒe dziehe yi Domeƒu la ŋu. Du geɖe siwo nɔ tɔʋu la ƒe dziehe la nye Efraim ƒe to la tɔ togbɔ be wonɔ Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi hã. Wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe dziehe heyi keke Domeƒu la ƒe ɣetoɖoƒe la na Efraim ƒe viwo, eye wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe anyiehe kple atsiaƒu la ƒe ɣedzeƒe la na Manase ƒe viwo. Woƒe anyieheliƒoe nye Aser ƒe viwo ƒe anyigba. Woƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Isaka ƒe viwo ƒe anyigba. Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã. Esi Manase ƒe dzidzimeviwo mete ŋu nya ame siwo nɔ du mawo me ɖa o ta la, Kanaantɔ mawo tsi anyi. Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ emegbe la, wozi Kanaantɔwo dzi, eye wosubɔa wo abe kluviwo ene. Yosef ƒe to eveawo me tɔwo va bia Yosua be, “Nu ka ta nèna anyigba ɖeka ko mí le esime Yehowa na míedzi sɔ gbɔ ale?” Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.” Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.” Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo. Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/18-1d3f9792c0194d8c108d618fba3d1ced.mp3?version_id=1613,"Esi Israelviwo xɔ anyigba vɔ megbe la, wo katã wova kpe ta ɖe Silo, eye wotu Yehowa ƒe Agbadɔ ɖe afi ma. Womema anyigba na Israel ƒe to adre haɖe o. Ale Yosua bia Israelviwo be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie mialala hafi anya ame siwo le anyigba si Yehowa, mia Mawu la na mi la dzi? Mitia ame etɔ̃ tso to ɖe sia ɖe me, eye madɔ wo ɖa be woayi aɖatsa ŋku le afi siwo dzi míeɖu haɖe o la dzi, ale be woana manya woƒe lolome kple anyigba la ƒe lolome si to ɖe sia ɖe adi be yeaxɔ, ekema mate ŋu amae na mi. Mama anyigba la ɖe akpa adre me: Yuda ƒe viwo anɔ woƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe viwo anɔ anyiehe. Miŋlɔ nu tso anyigba la ƒe akpa adreawo ŋu tsɔ vɛ nam. Ekema mada akɔ ɖe edzi le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ale be manya ale si mama anyigba lae. Ke miɖo ŋku edzi be womama anyigba na Levitɔwo o, elabena Yehowa ƒe nunɔlawo wonye, eye woƒe nunɔladɔe nye woƒe domenyinu wɔnuku la. Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã magaxɔ anyigba aɖeke o, elabena woxɔ anyigba xoxo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ŋugbe Mose do na wo.” Ame siwo wotia la dze mɔ be woata anyigba la vɛ na Yosua ekema ate ŋu ama anyigba la na toawo to akɔdada le Yehowa ŋkume me. Ame tiatiawo wɔ abe ale si woɖo na wo ene. Woma anyigba la ɖe akpa adre me, woŋlɔ du siwo nɔ mama ɖe sia ɖe me la da ɖi, eye wotrɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo. Le afi ma, le asaɖa la me le Silo la, Yehowa fia Yosua to akɔdada la me, ale si wòama anyigba lae na to vovovoawo. Anyigba si wotsɔ na Benyamin ƒe viwo la nɔ Yuda ƒe viwo kple Yosef ƒe viwo ƒe anyigbawo dome. Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyiehe dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la to, yi Yeriko ƒe anyiehe, to tonyigba la kple Bet Aven gbegbe la dzi. Liƒo la tso afi ma ɖo ta dziehe yi Luz, afi si wogayɔna be Betel, heyi Atarot Ada, le Bet Horon ƒe tonyigba dzi le dziehe. Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo. Anyigba la ƒe anyigbemeliƒo tso Kiriat Yearim du la to, yi Efrɔn to la dzi, yi Naftoa vudo la gbɔ, heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel. Tso En Rogel la, liƒo la ɖo ta anyiehe kple ɣedzeƒe gome yi En Semes kple Gelilot le Adumim ƒe akpa kemɛ. Etrɔ tso afi ma ɖo ta Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ, eye wòzɔ Bet Araba ƒe anyieheliƒo la ŋu heyi Araba. Egaɖo ta dziehe, dze le Bet Hogla ŋu, eye wòwu nu ɖe Dzeƒu la to. Teƒe siae nye Yɔdan tɔsisi la ƒe seƒe le dziehe gome. Yɔdan tɔsisi lae nye anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo. Anyigba siae wotsɔ na Benyamin ƒe viwo. Du blaeve-vɔ-ade siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yeriko, Bet Hogla, Emek Keziz, Bet Araba, Zemaraim, Betel, Avim, Para, Ofra, Kefar Amoni, Ofni, Geba. Du wuieve kple woƒe kɔƒeduwo. Gibeon, Rama, Beerot, Mizpeh, Kefira, Moza, Rekem, Irpeel, Tarala, Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene. Wotsɔ du wuiene siawo kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã wo la na Benyamin ƒe ƒome la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/19-6ae76d9fe90ef04581c5f60339c21927.mp3?version_id=1613,"Simeon ƒe viwo nye to evelia si wona anyigbae. Yuda ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe ge ɖe Simeon ƒe viwo tɔ me. Du wuiadre kple wo ŋu kɔƒe siwo nɔ anyigba si wona Simeon ƒe viwo me la woe nye: Beerseba, Seba, Molada, Hazar Sual, Bala, Ezem, Eltolad, Betul, Horma, Ziklag, Bet Markabot, Hazar Susa, Bet Lebaot kple Saruhen. Du asieke kple woƒe kɔƒeduwo. Ain, Rimon, Eter kple Asan. Du ene kple woƒe kɔƒeduwo. Wotsɔ du siwo nɔ anyigbeme yi keke Balat Beer, si wogayɔna be (Rama le Negeb) la. Esiawo hã wotsɔ na Simeon ƒe viwo. Ale Simeon ƒe viwo ƒe domenyinu tso nu si wotsɔ na Yuda ƒe viwo gbã la me, elabena nu si wona Yuda ƒe viwo gbã la lolo na wo akpa. To etɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Zebulon ƒe viwo. Woƒe anyigba la ƒe liƒo dze egɔme tso Sarid ƒe anyigbeme. Eƒo xlã tso afi sia yi ɣetoɖoƒe, te ɖe Marala kple Dabeset ŋu va ɖo Yokneam tɔʋu la ŋu. Le go kemɛ dzi la, liƒo la ɖo ta ɣedzeƒe va ɖo Kislot Tabor ƒe liƒo dzi, heyi Daberat kple Yafia. Eyi ŋgɔ ɖo ta Gat Hefer, Et Kazin kple Rimono ƒe ɣedzeƒe hafi trɔ ɖo ta Nea. Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyieheliƒo to Hanaton hewu nu ɖe Ifta El ƒe balime. Kata, Nahalal, Simron, Idala kple Betlehem kple du sue siwo ƒo xlã wo la hã nɔ woƒe anyigba me. Du wuieve siawo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la nɔ Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba me. To enelia si wona anyigbae lae nye Isaka ƒe viwo ƒe ƒomewo. Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yezreel, Kesulot, Sunem, Hafaraim, Siɔn, Anaharat, Rabit, Kision, Ebez, Remet, En Ganim, En Hada, Bet Pazez. Liƒo la va ke ɖe Tabɔr, Sahazuma kple Bet Semes heva wu nu ɖe Yɔdan nu. Wonye du wuiade kple du sue siwo ƒo xlã wo. Du wuiade siawo kple du sue siwo ƒo xlã wo lae nɔ anyigba la dzi. Isaka ƒe viwo ƒe anyigba yi ɖatɔ Yɔdan tɔsisi la. To atɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Aser. Du siwo nɔ Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi la woe nye: Helkat, Hali, Beten, Aksaf, Alamelek, Amad kple Misal. Anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Karmel yi Sihor Libnat ɖo ta ɣedzeƒe to Bet Dagon yi keke Zebulon le Ifta El ƒe balime. Etrɔ ɖo ta Bet Emek kple Neiel ƒe anyiehe, eye wòyi ɣedzeƒe na Kabul, Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ. Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib, Uma, Afek kple Rehob. Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo Aser viwo ƒe anyigba me duwo de blaeve-vɔ- eve kpe ɖe du sue siwo ƒo xlã wo la ŋu. To adelia si wona anyigbae lae nye Naftali. Eƒe liƒo dze egɔme tso Helef, le ʋuti si le Zaananim gbɔ. Eyi Adami Nekeb, Yabneel kple Lakum hetɔ Yɔdan tɔsisi la. Eƒe ɣetoɖoƒeliƒo dze egɔme tso Helef, dze to Aznɔt Tabɔr ŋu yi Hukok hewɔ ɖeka kple Zebulon ƒe liƒo le dziehe. Anyigba sia ƒe liƒo gawɔ ɖeka kple Aser ƒe viwo tɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Yɔdan tɔsisi la. Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret, Adama, Rama, Hazor, Kedes, Edrei, En Hazor, Yirɔn, Migdalel, Horem, Bet Anat kple Bet Semes. Wonye du wuiasiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. Ale du siwo nɔ Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi la le wuiasiekɛ kpe ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu. To mamlɛtɔ si wona anyigbae lae nye Dan. Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Zora, Estaol, Ir Semes, Salabin, Aiyalon, Itla, Elon, Timna, Ekron, Elteke, Gibeton, Baalat, Yehud, Bene Berak, Gat Rimon, Me Yakɔn kple Rakɔn kple anyigba si te ɖe Yopa ŋu. (Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea). Du siawo kple wo ŋu kɔƒe siwo ƒo xlã wo nye domenyinu si Dan ƒe viwo xɔ. Ale woma anyigba la ɖe toawo dome, eye wode liƒo wo ŋu. Israel dukɔ la tsɔ anyigba la ƒe akpa tɔxɛ aɖe na Nun ƒe vi Yosua, elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma. Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/20-42b0833734606449d971571e17fe2d4d.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Yosua be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia sitsoƒeduwo, abe ale si meɖoe da ɖi to Mose dzi ene la azɔ. Ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, ate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, eye woaxɔ nɛ tso ame kukua ƒe ƒometɔwo, ame siwo adi be yewoabia hlɔ̃ awui la ƒe asi me. Ne amewula la ɖo du siawo dometɔ ɖeka me la, awɔ takpekpe kple du ma me tɔwo ƒe ametsitsiwo, agblɔ nu si dzɔ la na wo, ekema woaxɔe, ana teƒee wòanɔ le wo dome. Ne ame kuku la ƒe ƒometɔ aɖe va be yeabia hlɔ̃e, awui la, womaɖe asi le amewula la ŋu nɛ o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o. Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime ʋɔnudrɔ̃lawo nadrɔ̃ ʋɔnui, eye wòaganɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si nɔ dzi ɖum hafi nya sia dzɔ la naku. Ekema amewula la ate ŋu atrɔ ayi wo de azɔ.” Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi. Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/21-ff03b45dcdce73328a97ef5f236d48b5.mp3?version_id=1613,"Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo. Wogblɔ na takpekpe la be, “Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, be wòatsɔ du aɖewo ana mí Levitɔwo, woanye aƒe na mí kple lãnyiƒe na míaƒe lãwo.” Eya ta Israelviwo tsɔ du siwo dzi woɖu la dometɔ aɖewo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo abe ale si Yehowa gblɔ ene. Levi ƒome la ƒe akpa si tso Kohat ƒe hlɔ̃ me lae nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Aron ƒe dzidzimeviwo hã xɔ du wuietɔ̃ siwo nye: Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe. Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo. Gerson ƒe viwo xɔ du wuietɔ̃ siwo wotia to akɔdada me tso du siwo le Basan la me. Isaka ƒe viwo, Aser ƒe viwo, Naftali ƒe viwo kple Manase ƒe to ƒe afã ɖe asi le du siawo ŋu na wo. Merari ƒe viwo xɔ du wuieve tso Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo gbɔ. Ale wowɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi, eye woma du siawo kple lãnyiƒe siwo le wo ŋu la to akɔdada me. Esiawoe nye du siwo woxɔ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigba dzi na Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo wɔ Kohat hlɔ̃, eye wodzɔ tso Levi me. Woawoe nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu. Ke wotsɔ agblenyigba siwo le dua kple kɔƒe siwo le eŋu la na Kaleb, Yefune ƒe vi, abe eƒe domenyinu ene xoxo. Hekpe ɖe Hebron si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka ŋu la, du siwo wogatsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la woe nye Libna, Yatir, Estemoa, Holon, Debir, Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me. Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Gibeon, Geba, Anatɔt kple Almon kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Ale wotsɔ du wuietɔ̃ kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo. Wotsɔ du aɖewo tso Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi na ƒome bubu aɖewo tso Kohat hlɔ̃ la me. Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo: Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer, Kibzaim kple Bet Horon kple wo ŋu lãnyiƒewo. Wotsɔ du ene siawo, Elteke, Gibeton, Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Wotsɔ du eve na wo le Manase ƒe viwo ƒe to afã la ƒe anyigba dzi; du siawoe nye Taanak kple Gat Rimon kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. Ale ƒome siwo tso Kohat hlɔ̃ la me la, xɔ du ewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo: le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi. Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera. Woxɔ du ene siawo le Isaka ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kision, Daberat, Yarmut kple En Ganim, kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene. Woxɔ du ene siawo le Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Misal, Abdon, Helkat kple Rehob, kpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene. Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃. Ale ƒome vovovoawo tso Gerson ƒe hlɔ̃ la me xɔ du wuietɔ̃ kple woƒe lãnyiƒewo. Levitɔ mamlɛawo, ame siwo nye Merari ƒe hlɔ̃ la xɔ du ene siawo: le Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Yokneam, Karta, Dimna kple Nahalal kple woƒe lãnyiƒewo siwo nye du ene. Woxɔ du ene, Bezer, Yahaz, Kedemot kple Mefaat kple wo ŋu lãnyiƒewo le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi siwo le du ene. Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim, Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Ale du siwo katã wodzidze nu tsɔ na Merari ƒe hlɔ̃ siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo la le du wuieve. Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe. Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma. Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi. Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/22-cdde5e8187694943cccabb26180319b9.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Yosua yɔ Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to la ƒe afã la ƒo ƒui. Egblɔ na wo be, “Miewɔ nu sia nu si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na mi be miawɔ, eye miewɔ nye sewo katã hã dzi. Miegblẽ mia nɔvi Israelvi bubuawo ɖi kpɔ gbeɖe o togbɔ be aʋa la xɔ ɣeyiɣi didi aɖe alea hã. Azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la na dziɖuɖu kple dzudzɔ mí abe ale si wòdo ŋugbe ene, eya ta miyi miaƒe anyigba si Mose, Yehowa ƒe dɔla na mi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ la dzi azɔ. Mikpɔ egbɔ be mieyi se siwo Mose de na mi la wɔwɔ dzi, milɔ̃ Yehowa, eye mizɔ ɖe ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu la nu. Milé ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, eye miasubɔe kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo.” Le esia megbe la, Yosua yra wo, eye wòɖo wo ɖe woƒe anyigbawo dzi. Mose tsɔ anyigba na Manase ƒe to afã la ɖe Basan, eye Yosua na anyigba to la ƒe afã la ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi kple wo nɔviŋutsuwo. Esi Yosua ɖo wo ɖe aƒe me la, edo mɔ wo kple yayranya siawo be: “Migbugbɔ yi míaƒe aƒewo me kple miaƒe kesinɔnu gbogboawo, lãha gãwo, klosalo, sika, akɔbli kple gayibɔ kple nudodo gbogboawo, eye mima afunyinu siwo mieha le míaƒe futɔwo si la kple mia nɔviŋutsuwo.” Ale Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la dzo le Israelviwo ƒe aʋakɔ la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Wotso tɔsisi la heyi woƒe anyigba dzi le Gilead. Ke hafi woatso Yɔdan adzo le Kanaanyigba dzi la, wotu ŋkuɖodzikpe gã aɖe abe vɔsamlekpui ene be ame sia ame nakpɔ. Ke esi Israelvi bubuawo se nu si wowɔ la, woƒo ƒu aʋawɔla aɖewo nu le Silo be yewoawɔ aʋa kple yewo nɔvi Israel ƒe to eve kple afã ma me tɔwo. Gbã la, Israelviwo na Finehas, nunɔla Eleazar ƒe vi, kplɔ ame dɔdɔ aɖewo tso tɔsisi la, eye woƒo nu kple wo nɔvi Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la. Ame dɔdɔawo nye Israel ƒe amegãwo; ame ɖeka tso to ewoawo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye hlɔ̃ aɖe ƒe kplɔla. Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena, “Yehowa ƒe ameha blibo la di be yeanya nu si ta miele nu vɔ̃ wɔm ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu, mietrɔ le eyome hetu vɔsamlekpui, eye miedze aglã ɖe Yehowa ŋu. “Ɖe nu vɔ̃ si míewɔ le Peor mesɔ gbɔ na mi oa? Míekɔ mía ɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ ma ŋu haɖe va se ɖe egbe o, togbɔ be dɔvɔ̃ va dze Yehowa ƒe amewo dzi hã. Ɖe miegale tɔtrɔm le Yehowa yome xoxoa? Elabena mienya be ne yewodze aglã ɖe Yehowa ŋu egbe la, ado dɔmedzoe ɖe mí katã ŋu etsɔ si gbɔna. Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o. Ɖe mieɖo ŋku edzi be esime Akan, Zera ƒe vi, wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, wohe to na dukɔ blibo la, kpe ɖe ame ɖeka ma si wɔ nu vɔ̃ ŋu o mahã?” Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã ɖo eŋu na Israelviwo ƒe tatɔwo be, “Ŋusẽtɔ lae nye Yehowa, mawuwo dzi Mawu lae nya nu si ta míetu vɔsamlekpui la, eye míedi be miawo hã mianya! Ne míedze aglã, eye míewɔ nuteƒe na Yehowa o la, ekema migana míanɔ agbe o! Ne míeda le Yehowa ƒe se dzi, eye míetu míawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpui be míasa numevɔ alo nuɖuvɔ loo alo ŋutifafavɔ le edzi la, ekema Yehowa ŋutɔ nahe to na mí. Míewɔ nu sia, elabena míevɔ̃ be mia viwo agblɔ na mía viwo be, ‘Mɔ ka miekpɔ asubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la? Yehowa wɔ Yɔdan tɔsisi la wònye liƒo le míawo kple mi Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo dome, kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa dome o.’ Ekema miaƒe dzidzimeviwo ana míaƒe dzidzimeviwo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ, eya tae míetu vɔsamlekpui aɖe, menye hena numevɔsawo alo akpedavɔsawo o, ke boŋ be wòanye dzesi anɔ míawo kple miawo siaa dome kple dzesi na dzidzime siwo ava kplɔ mí ɖo la be míesubɔa Yehowa le agbadɔ kɔkɔe sia ŋgɔ kple míaƒe nunanawo hena numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo. Míewɔ esia ale be miaƒe dzidzimeviwo magblɔ na míaƒe dzidzimeviwo be, ‘Kadodo aɖeke mele miawo kple Yehowa, míaƒe Mawu la dome o.’ Ne woagblɔ alea la, mía viwo ate ŋu aɖe wo ɖokuiwo nu be, ‘Mikpɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui si mía fofowo tu ɖa! Wotui ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔme nu. Wometui na numevɔsa kple vɔsa bubuawo o, ke boŋ wotui be wòanye kadodo anɔ míawo kple miawo dome, eye wòaganye Yehowa ƒe dzesi.’ “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagbugbɔ le Yehowa yome alo atsi tsitre ɖe eŋu to vɔsamlekpuiɖiɖi me na mía ɖokui hena numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuawo. Vɔsamlekpui si le Agbadɔ la ŋkume ko ŋu dɔ míawɔ na vɔsasa.” Esi Finehas, nunɔla la kple Israelviwo ƒe tatɔwo se nya siawo tso Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã la nu la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!” Finehas kple ame dɔdɔ ewoawo trɔ yi Israelvi bubuawo gbɔ, eye woɖe nu si dzɔ la me na wo. Tete Israel blibo la tso aseye, kafu Mawu, eye womegagblɔ nya aɖeke tso aʋawɔwɔ kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo ŋu o. Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo na ŋkɔ vɔsamlekpui la be, “Ɖaseɖiɖi ƒe Vɔsamlekpui,” elabena wogblɔ be, “Vɔsamlekpui la nye ɖaseɖiɖi le míawo kple woawo dome be Yehowae nye míaƒe Mawu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/23-ff0b927ffbc42ecde4005d929cff1f1a.mp3?version_id=1613,"Le esiawo katã megbe esi Yehowa na be Israelviwo ɖu woƒe futɔwo katã dzi, eye wokpɔ gbɔdzɔe la, Yosua, ame si zu amegãɖeɖi azɔ la yɔ Israel ƒe kplɔlawo, ametsitsiwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo katã ƒo ƒu hegblɔ na wo be, “Fifia metsi azɔ. Miekpɔ nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le nye agbenɔɣi. Ewɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòtsɔ woƒe anyigba na mi. Mema dukɔ siwo gali kokoko kple esiwo dzi meɖu la ƒe anyigbawo na mi abe miaƒe domenyinu ene, tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣedzeƒe heyi Domeƒu la ŋu le ɣetoɖoƒe. Yehowa, miaƒe Mawu la ana miaƒe futɔwo nagbugbɔ, eye wòanya wo, woasi le mia ŋgɔ. Miaxɔ woƒe anyigbawo abe ale si Yehowa, miaƒe Mawu la do ŋugbe na mi ene. “Ke miwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me la dzi pɛpɛpɛ. Migade axa na seawo dzi wɔwɔ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o. Mikpɔ nyuie be, miade ha kple trɔ̃subɔla siwo gale anyigba la dzi kura o. Migayɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã o; migawɔ woƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me o, eye migasubɔ wo o. Ke midze Yehowa, miaƒe Mawu la yome abe ale si miele wɔwɔm va se ɖe fifia ene. Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o. Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi, eya ta mikpɔ egbɔ be yewoyi Yehowa miaƒe Mawu lɔlɔ̃ dzi. “Ne miegbugbɔ le Yehowa yome, eye ne miede asi srɔ̃ɖeɖe tso wo dome me la, ekema minyae nyuie be, Yehowa maganya dukɔ mawo ɖa le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ azu mɔ si wotre na mi, ana miase veve le miaƒe axadame, wòazu ŋu anɔ ŋku tɔm na mi, eye miatsrɔ̃ le anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la dzi. “Esusɔ vie ko maku. Mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyuie le eƒe dzi me be Yehowa miaƒe Mawu na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo la mi, ɖeke meda le edzi o. Ke abe ale si wòwɔ ŋugbe siwo katã wòdo na mi dzi ene la, nenema ke wòawɔ ɖe nya vɔ̃ siwo katã wògblɔ da ɖi la hã dzii. Ne miewɔ nubabla si Yehowa wɔ kpli mi dzi o, eye ne miesubɔ Mawu bubuwo la, ekema ahe to na mi le eƒe dɔmedzoe me, eye eteƒe madidi o la, mia dometɔ aɖeke magasusɔ ɖe anyigba nyui si Yehowa tsɔ na mi la dzi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOS/24-3098be5df216aa5a0b7c73246af894e8.mp3?version_id=1613,"Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume. Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo. Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi. Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte. “ ‘Meɖo Mose kple Aron ɖa be woahe dɔvɔ̃ dziŋɔwo va Egipte dzi, eye mekplɔ nye ameawo dzoe abe ablɔɖemewo ene. Ke esi woɖo Ƒu Dzĩ la nu la, Egiptetɔwo kplɔ wo ɖo kple tasiaɖamwo kple sɔwo, ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe. “ ‘Mlɔeba la, mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ. Afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi, ke metsrɔ̃ wo, eye metsɔ woƒe anyigba la na mi. Emegbe la, Fia Balak ho aʋa ɖe Israel ŋu, eye wòbia tso Balaam, Beor ƒe vi, si be wòaƒo fi ade mi, ke nyemeɖo toe o, ke boŋ mena wòyra mi boŋ. Ale meɖe Israel tso eƒe asi me. “ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã. Meɖo nudzodzoe teamewo ɖe mia ŋgɔ be woanya Amoritɔwo ƒe fia eveawo kple woƒe amewo. Menye miaƒe yiwo alo aŋutrɔwoe he dziɖuɖu vɛ na mi o! Metsɔ anyigba si ŋu mieku kutri le o kple du siwo mietso o, du siwo me miele fifia la na mi. Metsɔ waingblewo kple amitiwo na mi hena miaƒe nuɖuɖu togbɔ be menye miawoe de woƒe agblewo o hã.’ “Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!” Ameawo ɖo eŋu be, “Míagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe asubɔ mawu bubuwo o, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía fofowo tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. Eyae nye Mawu si wɔ nukunu gãwo le Israelviwo ŋkume esi míezɔ mɔ to gbedzi, eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me esi míeto woƒe anyigbawo dzi. Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.” Yosua ɖo eŋu na ameawo be, “Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu le kɔkɔe, eye wòʋãa ŋu, matsɔ miaƒe aglãdzedze kple nu vɔ̃wo ake mi o. Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.” Ameawo ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ.” Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.” Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.” Ameawo ɖo eŋu na Yosua be, “Ɛ̃, míasubɔ, eye míaɖo to, Yehowa míaƒe Mawu ko!” Ale Yosua bla nu kple wo gbe ma gbe le Sekem, eye wòtsɔ wo de nubabla mavɔ me kple Mawu. Yosua ŋlɔ ameawo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Segbalẽ la me, eye wòmli kpe gã aɖe da ɖe logoti si le Yehowa ƒe Agbadɔ la gbɔ la te abe ŋkuɖodzinu ene. Eye Yosua gblɔ na ameawo katã be, “Kpe sia se nu siwo katã Yehowa gblɔ, eya ta anye ɖasefo atsi tsitre ɖe mia ŋu ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe dzi o.” Yosua ɖe asi le ameawo ŋu, eye ame sia ame yi eƒe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, Nun vi Yosua ku. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat Sera, le Efraim ƒe tonyigba la dzi, le Gaas toawo ƒe anyiehe lɔƒo. Israel subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi bubu siwo kpɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na Israel teƒe la le woƒe agbenɔɣiwo. Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me. Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/1-5ded772a69cd40dd0a16a268a3db1be5.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Yeremia, Hilkia ƒe vi ƒe nyawo. Hilkia nye Nunɔla siwo nɔ Anatɔt le Benyaminyigba dzi la dometɔ ɖeka. Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me. Egblɔ nya ɖi le Yehoyakim, Yosia ƒe vi, Yuda fia ƒe ɣeyiɣiwo me hã va se ɖe Yuda fia, Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti atɔ̃lia me. Ɣe ma ɣie wokplɔ Yerusalem nɔlawo yi aboyo mee. Yehowa ƒe nya va nam be, “Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò; hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.” Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.” Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò. Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. Emegbe Yehowa do eƒe asi ɖa tsɔ tɔ nu nam eye wògblɔ nam be, “Azɔ metsɔ nye nyawo de wò nu me. Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.” Yehowa ƒe nya va nam bena, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Mele yevuziti ƒe alɔdze kpɔm.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.” Yehowa ƒe nya gava nam be, “Nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ ze si me tsi le fiefiem le, eye wòviã ɖe anyiehe gome.” Yehowa gblɔ nam be, “Gbegblẽ atso anyiehe ava ƒo ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi. Esusɔ vie maƒo dzigbemefiaɖuƒe la me nɔlawo katã nu ƒu.” Yehowae gblɔe. “Woƒe fiawo ava li woƒe fiazikpuiwo anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu, woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katã kple Yuda duwo katã ŋu. Mabu fɔ nye amewo ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ hegblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu bubuwo hesubɔ nu siwo woawo ŋutɔ wɔ kple asi la ta. “Dzra ɖokuiwò ɖo! Tso kpla ne nàgblɔ nu siwo katã megblɔ na wò la na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenema o la, mado ŋɔdzi na wò le wo ŋkume. Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/2-d4863561e5e8bab3608bbf56f7856549.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be, “Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi. Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa, eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ame siwo katã ʋuʋui la, dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ ” Yehowae gblɔe. Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe, mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã. Ale Yehowa gblɔe nye si. “Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe? Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo. Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o. Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo, gake mieva do gu nye anyigba eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu. Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o. Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o. Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye. Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.” Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu, eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti. Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu. Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie. Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã. Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa? Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o; gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli legba maɖinuwoe. O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta, eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi gã.” Yehowae gblɔe. “Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve. Wogbe nu le nye agbetsivudo la gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo, tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o. Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea? Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo? Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu. Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe. Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo. Memfistɔwo kple Tapanhestɔwo hã ƒlɔ dzodome na wo. Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa, miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa? Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte, aɖano Sihor me tsi? Eye nu ka ta miayi Asiria be miano Frat tɔsisi me tsi? Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi eye miaƒe megbedede aka mo na mi. Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò, ahave wòe esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena, ‘Nyemasubɔ wò o!’ Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene. Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu abe wainka si mie le eɖokui si la ene? Togbɔ be èle tsi kple adzalẽ eye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe hã la, wò nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “Nu ka ta nàgblɔ be, ‘Nyemeɖu kɔ o, nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’ Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa. Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ. Èle abe kposɔnɔ si ɖia du eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene. Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽm kple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene. Ne asiyɔyɔ le edzrom la, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Mehiã gɔ̃ hã be atsu siwo le eyome tim la nakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti o elabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la, woake ɖe eŋu bɔbɔe. Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu, eye wò ve me naƒu kplakplakpla o. Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o; melɔ̃ dutamawuwo eya ta ele nam be mati wo yome.’ “Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la, nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la, woƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo. Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’ Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’ Wotrɔ woƒe megbe dem ke menye woƒe ŋkume o, gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be, ‘Va, nàɖe mí!’ Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔ na mia ɖokuiwo la le? Woneva ne woate ŋu aɖe mi, ne mieɖo xaxa me! O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene.” Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?” Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye. “Dzodzroe mehe to na wò amewo, elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o. Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene. “O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu. “Gbegbee menye na Israel loo alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba? Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be, ‘Ablɔɖe le mía si be míatsa eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’ Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be alo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea? Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe. Aleke nèhenya ahiãdidii! Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò. Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu le wò awuwo me, evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o, gake le esiawo katã megbe hã la, ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o. Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’ Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be, ‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’ Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbe le wò mɔwo trɔm? Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria hã na ŋu kpe wò ene. Àtsɔ asi akpla ta hafi adzo le teƒe ma hã elabena Yehowa gbe nu le ame siwo dzi nèka ɖo la gbɔ. Eya ta womakpe ɖe ŋuwò o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/3-c534cb3955a820dfcb7997808057c1d9.mp3?version_id=1613,"“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe, ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa? Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa? Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo. Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?” Yehowae gblɔe. “Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa. Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa? Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam. Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene. Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la. Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe. Menye fifi laa koe nèyɔm be, ‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa? ‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa? Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’ Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo siwo katã nàte ŋui.” Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma. Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe. Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi. Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe. Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe. Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la. Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be, “ ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ. Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o elabena nublanuikpɔlae menye eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe. ‘Wò ya, dze si wò vodada elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu; ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion. Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me. Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe. Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o. Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.” Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be, “ ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’ Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’ eye miatrɔ le yonyeme o. Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la, nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.” Wose avi le to ƒuƒluwo dzi, Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be. “Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo, mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.” “Ɛ̃, míava gbɔwò, elabena wòe nye Yehowa, míaƒe Mawu. Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi kple towo tame nye beble sɔŋ ko. Enye nyateƒe be Yehowa, míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ. Tso míaƒe ɖekakpuime ke, ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo, woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo. Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/4-7ddf3ede9077e1fe323ac7e4775c6426.mp3?version_id=1613,"Yehowa be, “O Israel, ne miatrɔ la, ekema mitrɔ va gbɔnye ne mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa le nye ŋkuta eye miagatra mɔ o. Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.” Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi: “Miŋlɔ agble yeye, migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o. Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.” “Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo le Yerusalem gblɔ be, ‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’ Mido ɣli sesĩe be, ‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’ Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion! Misi yi sitsoƒe, migatɔ o! Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae, gbegblẽ si teƒe makɔ o.” “Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o. Eya ta mita akpanya, mifa konyi eye mifa avi sesĩe, elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.” Yehowa be, “Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la kple eƒe dumegãwo ƒo, ŋɔdzi alé Nunɔlawo eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.” Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.” Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o. Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.” Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ! O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ. Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò? Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan. Ele kpo dom gbegblẽ si tso Efraim togbɛwo dzi gbɔna. “Migblɔ nya sia na dukɔwo, miɖe gbeƒãe na Yerusalem be, ‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso adzɔgenyigba aɖe dzi; wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti. Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene elabena edze aglã ɖe ŋunye.’ ” Yehowae gblɔe. “Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe. Esiae nye wò tohehe. Aleke wòahave wòe! Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!” O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo! Mele ŋeŋem le vevesese me. O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam! Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi, mese aʋaɣlidodo. Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo eye anyigba blibo la zu aƒedo. Enumake wogbã nye agbadɔwo eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe. Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ? “Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o. Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene elabena womenyam o. Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me eye womenya nu nyui wɔwɔ o.” Metsa ŋku le anyigba dzi, ele nyamaa, le ƒuƒlu. Mewu mo dzi kpɔ dziƒo gake woƒe kekeli megali o. Mewu mo dzi kpɔ towo, wole dzodzom kpekpekpe eye togbɛwo katã le ʋuʋum. Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o. Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo. Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe; eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkume le eƒe dziku helĩhelĩ la ta. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Anyigba blibo la azu aƒedo, gake nyemagblẽe gbidigbidi o. Eya ta anyigba axa nu eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu eye nyemagbe edziwɔwɔ o. Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.” Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ. Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me, eye ɖewo lia agakpewo. Duwo katã me ɖi gbɔlo: ame aɖeke megale wo me o. O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle? Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do? Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo? Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò. Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò eye wole wò agbe yome tim. Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/5-4aa1815d5e879f7dbd2208e3b83e80a4.mp3?version_id=1613,"“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo, mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi. Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia. Togbɔ be wogblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la, wole nu tam alakpatɔe kokoko.” O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? ȃo wo gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ. Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ. Mebui be, “Ame siawo la, ame dahewo ko wonye. Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo o. Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo; woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.” Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa eye wotu kɔsasawo. Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi, amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo, eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya, elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ. “Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo? Mia viwo gbem, eye wota mawu siwo menye mawu o togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la, wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me. Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene, ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu. Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?” Yehowae gblɔe. “Mige ɖe eƒe waingblewo me eye mialã woƒe wainkawo. Ke migagblẽ wo gbidigbidi o. Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o. Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.” Yehowae gblɔe. Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena, “Mawɔ naneke o! Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o. Nyagblɔɖilawo la, ya ko wonye eye nya la mele wo me o, eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.” Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe, mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o, eye mèse egɔme hã o. Woƒe daku le abe yɔdo si le nuvo la ene. Wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo. Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.” Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o. Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’ “Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe la eye nàdo kpo le Yuda. ‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo, ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o, ame siwo to li na, gake womesea nu o.’ Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o. Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ, dzeaglãe li na wo. Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’ Womegblɔna na wo nɔewo be, ‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la, ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe kɔsiɖawo dzi na mí’ la o. Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã, eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi. “Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me, ame siwo de xa abe ale si ŋutsu siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene. Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la, nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble. Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo, eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã. Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o, womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o, eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.” Yehowa be, “Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa? “Ŋɔdzinu kple dzigbãnu aɖe dzɔ le anyigba dzi. Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/6-405e67ad364e62d944cb901cadc1c1cd.mp3?version_id=1613,"“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo! Misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa! Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem! Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna. Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuie hele wusewuse la dome. Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti, woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe, ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.” “Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii! Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao, ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi. Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã me ne miagbã eƒe mɔ sesẽwo!” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Ele be woahe to na du sia elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ. Abe ale si vudo dzia tsii ene la, nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii. Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme. Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa. Oo, Yerusalem, se nyagbename, ne menye nenema o la, matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye si, “Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo abe ale si woxaa waintsetse le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene. Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu abe ame si le wain gbem la ene.” Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e? Ame ka aɖo tom? Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o. Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo eye womedinɛ be yewoase o. Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o. “Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi, akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi. Nenema kee wòanɔ na ametsitsi siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta. Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewo kple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu, ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwo le anyigba dzi la ŋuti.” Yehowae gblɔe. “Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo. Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’ Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o. Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la, le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o, eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’ Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be, ‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’ Gake miegblɔ be, ‘Míaɖo to o.’ Eya ta miesee o. Oo, mi dukɔwo, Oo ɖasefowo, milé ŋku ɖe nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu. Oo, anyigba, see. Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi, esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wogbe nye se dzi wɔwɔ. Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam? Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.” Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ. Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.” Ale Yehowa gblɔe nye si, “Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna. Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu. “Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu. Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o, elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo. Oo, nye dukɔ, mita akpanya, miamli le dzofi me. Fa konyi vevie kple ɣli abe ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene, elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe mía dzi zi ɖeka kpoyi! “Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe nye ga si lolõ ge woala, be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ. Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo. Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu. Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene. Ame dovowoe wo katã wonye. Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ be woafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me, gake wowɔe ʋuu do kpoe. Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o. Woyɔa wo be klosalo si wogbe, elabena Yehowa gbe nu le wo gbɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/7-e0051384bc123565aab05738c7c3e5bf.mp3?version_id=1613,"Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia: “Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa. Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia. Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!” Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo, ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la, ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi. Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti. “ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ, emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã? Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe. “Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta. Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o. Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo. Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’ “Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o. Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa? Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam. Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’ “Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’ “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la. Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o. Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi. Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o. Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me. Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’ “Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o. Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi. “ ‘Lũ ta, eye nàtsɔ ɖa la aƒu gbe. Lia to kɔkɔ ƒeƒlewo, nɔ anyi nàdzi konyifaha elabena Yehowa gbe nu le dzidzime si le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ te la gbɔ eye wògblee ɖi.’ ” “Yehowa be, ‘Yuda dukɔ wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me hedo gui. Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’ Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’ Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o. Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/8-70aeff0a6b3accbddb21777c040c2f4b.mp3?version_id=1613,"“Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me. Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ ” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Gblɔ na wo be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Ne amewo dze anyi la, ɖe womegafɔna oa? Ne wotra mɔ la, ɖe womegatrɔna gbɔna oa? Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo? Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi? Woku ɖe beble ŋuti eye wogbe be yewomatrɔ o. Meɖo to nyuie, gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o. Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ, eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?” Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene. Akpaviã le yame ke hã nya eƒe azãgbewo, akpakpa, sagbadre kple tsalĩ, nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo. Gake nye dukɔ ya menya Yehowa ƒe ɖoɖowo o. “ ‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo, elabena Yehowa ƒe se la le mía si,” evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti trɔe wòzu aʋatso’ o? Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa, eye mɔ aɖe wo. Esi wogbe Yehowa ƒe nya la, nunya ka ƒomevie le wo si? Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo. Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu. Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye ameblelawo. Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene. Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’, evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi. Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.” “Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo? Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma! Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃ eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano elabena míewɔ nu vɔ̃. Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ gake ŋɔdzi koe li. Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi le keke Dan. Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la, anyigba katã nyea zi. Wova be woaʋuʋu anyigba kple nu siwo katã le edzi, du la kple emenɔlawo katã.” “Kpɔ ɖa, madɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe mia dome. Da siwo miate ŋu asa gbe ade o eye woaɖu mi.” Yehowae gblɔe. Oo, nye Akɔfala le xaxa me. Nu te nye dzi ŋu le menye. Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa tso anyigba didi aɖe dzi, “Ɖe Yehowa mele Zion oa? Ɖe Fia la megale afi ma oa?” “Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo do dziku nam ɖo?” “Nuŋeɣi va yi, eye dzomeŋɔli hã va yi, gake womeɖe mi o.” Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye hã megbã, mexa nu eye dzidzi ƒom. Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa? Gbedala aɖeke mele afi ma oa? Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi mele kukum o?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/9-c0081052f623b4ac54174202ab5efd82.mp3?version_id=1613,"Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la, mafa avi zã kple keli na nye dukɔ ƒe ame siwo wowu. Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi adzo le wo gbɔ, elabena wo katã wonye ahasiwɔlawo, ameha siwo nye nu tovo wɔlawo sɔŋ. Yehowa be, “Wovua woƒe aɖewo abe dati ene ne woada alakpaŋutrɔ. Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum le anyigba la dzi o. Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ eye womenyam o. Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu. Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o, elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla. Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o. Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie kple nu vɔ̃ wɔwɔ. Amebeble le gã dom ɖe edzi. Le woƒe amebeble ta la, wogbe sidzedzem.” Yehowae gblɔe. Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ, elabena nu bubu ka mawɔ le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta? Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ. Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa? Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’ “Mafa avi ado ɣli na towo, eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu. Elabena wozu gbegbe, ame aɖeke mato afi ma ayi o eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o, dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si. “Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.” Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene? Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o. Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi. Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Mibu eŋuti azɔ! Miyɔ nyɔnu avihadzilawo vɛ. Miyɔ esiwo tea ŋu dzinɛ nyuie. Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí, eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me. Wose aviɣli le Zion. ‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale! Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale! Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi, elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’ ” Azɔ la, Oo nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti. Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii. Mifia konyifaha mia nɔewo Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi. Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me. Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me. Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Amegbetɔwo ƒe ŋutilã kukuwo akaka abe gbeɖuɖɔ wolɔ kɔ ɖe agble dzi ene. Woanɔ abe nukue nuŋela ŋe ƒo ɖi, eye ame aɖeke meli afɔ wo o ene.’ ” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o, ke boŋ ame si aƒo adegbe la, neƒo adegbe tso nu sia ŋu be, yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa, ame si nye dɔmenyotɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi eye esiawo mee medzɔa dzi le,” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko. Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/10-9ec04a50ebfb6c8f90f906f8e7193c1f.mp3?version_id=1613,"Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o. Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la, womegado ŋɔdzi na miawo ya o. Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka. Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu. Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti. Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o. Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene. Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o. Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi alo awɔ nyui aɖeke na mi o.” O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o; èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ. Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o. Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo. Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o lae nye woƒe nufiala. Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis eye wotsɔa sika tsoa Ufaz. Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo. Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o. “Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’ ” Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee. Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo. Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o. Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃. Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Miƒo miaƒe nunɔamesiwo nu ƒu ne miadzo le anyigba la dzi, mi ame siwo aʋa xa aƒe na. Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le ɣeyiɣi sia me la, matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe. Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.” Baba nam le abi si mexɔ la ta. Nye abi la nye abi makumaku! Gake megblɔ na ɖokuinye be, “Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.” Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo. Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o. Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o. Alẽkplɔlawo nye movitɔwo eye womebiaa Yehowa ta sena o, eya ta nu medzea edzi na wo o. Ale woƒe alẽhawo hã kaka. Ƒu to anyi, ɣli aɖe ɖi, ƒu to anyi, egbɔna, hoowɔwɔ gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna! Awɔ Yuda duwo woazu aƒedo kple nɔƒe na amegaxiwo. O Yehowa, menya be amegbetɔ ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be wòalé eƒe mɔ atsɔ o. Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui, menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la, àwɔm mazu nu maɖinu. Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/11-afbd64f44595571fe56c7bc1b441728a.mp3?version_id=1613,"Esiae nye gbe si tso Yehowa gbɔ va na Yeremia. “Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem. Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi. Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu. Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.” Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.” Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi. Tso gbe si gbe mekplɔ mia fofowo do goe tso Egipte va se ɖe egbe sia la, mexlɔ̃ nu wo zi geɖe be, “Miɖo tom.” Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’ ” Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome. Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o. Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o. O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’  “Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o. “Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me, le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo? Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe wò le tohehe mea? Elabena ne èle nu tovowo wɔm la, dzi nɔa dzɔwòm.” Yehowa na ŋkɔ wò be amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le. Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la, ana dzo afiae eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ. Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta. Esime Yehowa ɖe woƒe nugbeɖoɖowo fiam la, menyae, elabena le ɣe ma yi la, efia nu siwo wɔm wonɔ lam. Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be, “Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse, mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.” Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, doa dzi kple tamesusu kpɔ la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge elabena asiwò me metsɔ nye nya dee. “Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’ Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/12-a91d1df6e25cfe6134bf0642cd5d87e2.mp3?version_id=1613,"Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la, wò nya dzɔna ɣe sia ɣi. Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo? Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me? Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku. Wò ŋkɔ le nu na wo gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò. Oo, Yehowa, ke wò la ènyam, èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò. Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee! Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la! Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi eye gbewo naƒu ase ɖo? Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la, xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃. Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be, “Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.” “Ne èke duɖime kple amegbetɔwo kple afɔ eye nu te ŋuwò la, aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo? Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la, aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me? Nɔviwò kple wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò. Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la, mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o. “Magbe nu le nye aƒe gbɔ eye magble nye domenyinu ɖi. Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo. Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene. Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo. Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa? Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ ne woava vuvu nu. Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble eye woanye avuzi le nye agble dzi. Wole nye agble veviwo wɔ ge woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ. Wole ewɔ ge wòazu gbegbe kple kuɖiɖinyigba si manyo na naneke le ŋkunye me o. Anyigba la katã azu aƒedo elabena ame aɖeke manɔ anyi si atsɔ ɖe le eme o. Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi eye ame aɖeke mato le eme o. Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu, woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o. Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.” Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome. Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome. Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/13-daf8e9f85a2ea681599b53202d88ee38.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔ nam be, “Yi nàƒle alidziblanu si wowɔ kple aklala biɖibiɖi, eye nàtsɔe abla wò ali dzi. Ke mègana wòade tsi me o.” Ale meƒle alidziblanu la abe ale si Yehowa gblɔ nam ene, eye metsɔe bla nye ali dzi. Tete Yehowa ƒe nya va nam zi evelia be, “Tsɔ alidziblanu si nèƒle tsɔ bla ali dzi la, nàyi ɖe Frat azɔ eye nàɣlae ɖe kpetome le afi ma.” Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene. Le ŋkeke geɖewo megbe la, Yehowa gblɔ nam be, “Yi ɖe Frat azɔ nàɖatsɔ alidziblanu si megblɔ na wò be nàɣla ɖe afi ma.” Ale meyi ɖe Frat ɖaku alidziblanu la le teƒe si meɣlae ɖo. Ke azɔ la mekpɔ be enyunyɔ eye ŋudɔwɔnu aɖeke megale eŋu o. Yehowa ƒe gbe va nam be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee. Ame vɔ̃ɖi siawo, esi wogbe nye gbe sese hedze woƒe dziwo ƒe aglãdzedze yome eye woti mawu bubuwo yome be yewoasubɔ wo, ade ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia si ŋu wɔna aɖeke megale o la ene.’ Yehowa be, ‘Elabena, abe ale si alidziblanu nɔa ali dzii na ŋutsu ene la, nenema mebla Israel ƒe aƒe la katã kple Yuda ƒe aƒe la katãe ɖe ɖokuinye ŋu be woanye nye dukɔ, nye bubu, nye kafukafu kple nye atsyɔ̃ gake wogbe toɖoɖo.’ “Gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miku wain ɖe lãgbalẽgoawo katã me.’ Eye ne woagblɔ na wò be, ‘Ɖe míenyae be ele be woaku wain ɖe goawo katã me o hã?’ la, ekema gblɔ na wo be, aleae Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ ahamumu ayɔ ame siwo katã le anyigba la dzi mee fũu, fia siwo nɔ David ƒe fiazikpui dzi la hã anɔ eme hekpe ɖe nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le Yerusalem ŋuti. Yehowa be, matsɔ wo axlã ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa, nyemana be nublanuikpɔkpɔ, amenuveve alo dɔmetɔtrɔ nawɔe be magbe wo tsɔtsrɔ̃ o.’ ” Misee, miƒu to anyi, migado mia ɖokui ɖe dzi o, elabena Yehowae ƒo nu. Mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la hafi wòahe viviti vɛ, hafi miaƒe afɔwo nanɔ nu klim le togbɛ dovivitiwo dzi. Miele mɔ kpɔm na kekeli, ke ana wòazu viviti tsiɖitsiɖi eye wòatrɔe wòazu blanuiléle ƒe blukɔ. Ke ne mieɖo to o la, mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta. Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado le mo nam blobloblo elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la. Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be, “Miɖi le miaƒe fiazikpuiwo dzi elabena miaƒe atsyɔ̃fiakukuwo age le ta na mi.” Woatu du siwo le gbegbe la ƒe agbowo eye ame aɖeke meli si aʋu wo o. Woaɖe aboyo Yudatɔwo katã eye woakplɔ wo adzoe. Mifɔ mo dzi ne miakpɔ ame siwo gbɔna tso anyiehe. Afi ka alẽha si wotsɔ de asi na mi la le, alẽha si dzi miedana ɖo? Nu ka nàgblɔ nenye be Yehowa tsɔ ame siwo nèhe be woanye xɔ̃wòwo la ɖo tatɔwo na wò? Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa? Ne èbia ɖokuiwò be, “Nu ka ta nu sia dzɔ ɖe dzinye hã la le wò nu vɔ̃ gbogboawo ta wovuvu avɔ le ŋuwò eye wowɔ fu wò ŋutilã ɖo? Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia? Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la, miate ŋu awɔ nyui o.” Yehowa be, “Makaka mi ahlẽ abe ale si dzogbeya lɔa tsro ɖe nu ene. Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ si meɖo ɖi na wò, elabena ègblẽm ɖi hedze aʋatsomawuwo yome. Maɖe avɔ le ŋuwò atsɔ atsyɔ mo na wò be woakpɔ wò ŋukpeƒe, wò ahasiwɔwɔ, wò ahiãgbetetewo kple wò gbolowɔwɔ ŋukpemanɔmetɔe! Mekpɔ wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi kple baliwo me. Oo, Yerusalem, babaa na wò. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàƒo ɖi ase ɖo?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/14-3a744bae602a9f0c92e3455b633e7551.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti. “Yuda le nu xam, eƒe duwo le fukpekpe me, wole avi fam le anyigba la ta eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem. Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe; woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o. Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo, wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta. Anyigba la katã wo gblogblogblo, elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o; agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta. Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi elabena gbe mumu meli o. Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi henɔa ya nom abe amegaxiwo ene. Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔna elabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.” O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la, wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ, eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ, eƒe Ɖela le xaxawo me; nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi, eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge ŋkeke ɖeka ko ene? Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ, eye mate ŋu axɔ na ame o la ene? O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu eya ta mègagblẽ mi ɖi o! Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi: “Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo; woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta Yehowa mexɔ wo o. Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi, eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o. Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.” Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ” Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm. Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’ “Gblɔ nya sia na wo be, “ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o, ame si nye dukɔ la, xɔ abi vevie le esi wogbãe ta. Ne meyi ɖe gbedzi la, mekpɔa ame siwo wowu kple yi la ƒe ŋutilã kukuawo. Ne mege ɖe dua me la, mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le. Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe anyigba si womenya o la dzi.’ “Ɖe nègbe Yuda gbidiia? Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa? Nu ka ta nède abi mía ŋuti ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o? Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva na mí o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li. O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo. Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o; mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o. Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o. Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa? Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia? Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ. Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò, elabena wòe wɔa esiawo katã.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/15-e8d3f31ea42baba50691e49af406c365.mp3?version_id=1613,"Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo! Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me. Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ” Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo. Mawɔ wo woanye ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo le nu si Hezekia ƒe vi, Manase, Yuda fia wɔ le Yerusalem ta. Yehowa be, “O Yerusalem, ame kae akpɔ nublanui na wò? Ame kae afa na wò? Ame kae atɔ, abia wò agbe ta se? Ègbe nu le gbɔnye, ègale megbedede dzi eya ta malé wò, atsrɔ̃ wò. Nyemagate ŋu akpɔ nublanui na wò o. Magbɔ wò kple nugbɔnu le anyigba sia ƒe agbowo nu. Mana kunyawo nadzɔ ɖe wo dzi eye matsrɔ̃ dukɔ sia elabena wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o. Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake. Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ, wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi. Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi! Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu. Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ. Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe. Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le woƒe futɔwo ƒe ŋkume,” Yehowae gblɔe. Danye, baba be nèdzim. Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm, le nya hem kplii! Nyemedo nugbana na ame aɖeke o, eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o, gake ame sia ame le fi ƒom le deyem. Yehowa be, “Vavã maɖe wò kokoko le susu nyui aɖe ta. Le nyateƒe me, mana wò ketɔwo naɖe kuku na wò le gbegblẽ kple xaxa ƒe ɣeyiɣiwo me. “Ɖe ame ate ŋu aŋe gayibɔ alo akɔbli si tso anyiehea? “Wò nu xɔasiwo kple wò kesinɔnuwo la, matsɔ wo ana abe nuhaha ene femaxee le wò nu vɔ̃ siwo nèwɔ le wò dukɔ me godoo la ta. Mana nànye kluvi na wò futɔwo le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.” O Yehowa, èse egɔme eya ta ɖo ŋku dzinye eye nàkpɔ tanye. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo; le wò dzigbɔgbɔ blewuu me la, mègakplɔm dzoe o. Bu ale si mexɔ vlododo le tawòe la ŋuti. Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu. Nyemenɔ anyi ɖe aglotulawo ƒe hame kpɔ loo alo kpɔ dzidzɔ kpli wo kpɔ o. Nye ɖeka koe nɔ anyi elabena wò asi le dzinye eye nètsɔ dziku yɔ menye. Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo? Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo si megale tsi dzim o la enea? Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm. Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o, magana mianye nye amewo. Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o. Mawɔ wò nànye gli na ame siawo eye nànye akɔbligli sesẽ na wo. Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maxɔ na wò. Maxɔ wò le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye maɖe wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/16-7c49a06c07dc22e3d28f04b3e6081410.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe nya va nam be, “Mègaɖe srɔ̃ be nàdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o” Elabena ale Yehowa gblɔ tso ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo wodzi ɖe anyigba sia dzi, wo dadawo kple wo fofowo ŋutie nye esi: “Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.” Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe. “Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o. Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o. “Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o. Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Le wò ŋkume kple wò ŋkekewo me, matɔ te dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu ƒe ɣliwo eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbewo le teƒe sia o.’ “Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la, ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o. Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa! Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe. “Yehowa be, gake ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso Egipte ƒe agbe’ o. Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me wonya wo ɖo ɖa la ƒe agbe.’ Elabena magbugbɔ wo aɖo te le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi. “Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me. Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o. Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’ ” O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o. Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa? Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!” “Eya ta mafia wo, ke azɔ la, mafia nye ŋusẽ kple nye sesẽ wo. Ekema woadze sii be nye ŋkɔe nye Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/17-4e1e773eaf0269c8b38766d98cffd586.mp3?version_id=1613,"“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti si kpe xɔasi aɖe le nugbɔ na la ŋlɔ Yuda ƒe nu vɔ̃ ɖe woƒe dziwo ƒe nuŋlɔkpewo dzi, kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋuti. Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo kple aƒeli siwo le wo ŋuti le ati damawo te kple togbɛ kɔkɔwo dzi la dzi. Matsɔ nye to si le anyigba dzi, miaƒe nu xɔasiwo kple miaƒe kesinɔnuwo katã ana woaha hekpe ɖe miaƒe nuxeƒewo ŋuti le nu vɔ̃ si miewɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi la ta. To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la, miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi. Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi elabena miede dzo nye dɔmedzoe me eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi, hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe! Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene eye ne dzɔgbenyui va la, makpɔe o. Anɔ gbegbe ƒe kuɖiɖinyigbawo dzi kple dzeƒutagba afi si ame aɖeke menɔna o.” “Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu eye wòtsɔa eƒe dzideƒo dea Yehowa me. Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.” Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme? “Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.” Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila. Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi le gɔmedzedzea me ke lae nye teƒe si miaƒe kɔkɔeƒe la le. O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ. Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ. Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna. Wole biayem ɖaa be, “Afi ka Yehowa ƒe nya la le? Neva eme azɔ!” Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o; ènya be ŋkeke vɔ̃ la hã medzrom o. Nu siwo katã megblɔ kple nye nu la, le ƒeƒle le ŋkuwòme. Mèganye ŋɔdzinu nam o elabena wòe nye nye sitsoƒe le gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya, ɖem tso ŋukpe me. Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o. Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo, agagbã wo ɖe edzi. Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu. Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’ Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o. Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene. Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o. Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee. Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee. Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/18-df0c34d635a8f1524c04fb6880f75cc5.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia, “Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.” Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi. Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu. Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena, “Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee. Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e, eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o. Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti. “Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’ Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’ ” Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mibia le dukɔwo dome be, ame kae se esia tɔgbi kpɔ mahã? Ɖetugbi dzadzɛ, Israel, wɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o. Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe agakpewo kɔgo la vɔna? Ɖe eƒe tsi fafɛ si sina toa dukɔ la me tso teƒe didiwo la nu tsona? Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba maɖinu siwo nana be woklia nu le woƒe toƒewo kple blemamɔwo dzi. Wonana be wozɔa mɔ siwo to duwo xa kple mɔ siwo menye mɔ dodowo o la dzi. Woana woƒe anyigba nazu gbegbe, eye woazu alɔmeɖenu tegbee. Ame siwo katã ato afi ma ayi la, ƒe mo awɔ yaa, eye woaʋuʋu ta. Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene. Matrɔ nye megbe ade wo le woƒe dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋkeke la dzi, ke menye nye ŋkume o.” Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.” Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa! Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea? Ke woɖe ʋe ɖi nam. Ɖo ŋku edzi be metsi tsitre ɖe ŋkuwòme ɖe kuku ɖe wo ta be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo ne màgatrɔ wò dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi o. Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame, tsɔ wo de asi na yi ƒe ŋusẽ. Na be wo srɔ̃wo nazu konɔwo kple ahosiwo, na be woawu wo srɔ̃ŋutsuwo, eye woƒe ɖekakpuiwo natsi yi nu le aʋagbedzi. Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena woɖe ʋe ɖi be mage ɖe eme ne yewoalém, eye woɖo mɔ ɖi na nye afɔwo. O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum. Mègatsɔ woƒe hlɔ̃dodowo ke alo nàtutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwòme o. Na be woatsɔ wo axlã ɖe anyi le ŋkuwòme, eye nàtu nu kpli wo le wò dzikudogbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/19-393b48f9c96203c51fe8f251fc5c16ea.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi, ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò. Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ. Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo. Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o. Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime. “ ‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo. Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta. Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’ “Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o. Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene. Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ” Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/20-56411488023fbe79fd12fc4570d658c2.mp3?version_id=1613,"Esi nunɔla Pasur, Imer ƒe vi, Yehowa ƒe gbedoxɔ me ƒe dɔnunɔlagã la se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm ɖi la, ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu. Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o; elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi. Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee. Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ” O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se; èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye. Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye eye ame sia ame le koyem. Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la, medoa ɣli heɖea gbeƒã ʋunyaʋunya kple tsɔtsrɔ̃, ale Yehowa ƒe nya hea dzu kple vlododo vɛ nam ɣe sia ɣi. Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o. Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.” Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene, eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o. Woƒe ɖoɖowo me agblẽ eye woaɖu ŋukpe vevie, bubu si woɖe le wo ŋu la, womaŋlɔe be akpɔ o. O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ, eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me, na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe elabena wòe metsɔ nye nya de asi na. Midzi ha na Yehowa! Mitsɔ kafukafu na Yehowa! Eɖe hiãtɔwo ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe. Yayra meganɔ gbe si gbe danye dzim la dzi o! Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya sia yi na fofonye be, “Wodzi viŋutsu na wò” la dzi! Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã nublanuimakpɔmakpɔtɔe la ene. Nese aviɣli le ŋdi me kple aʋaɣli le ŋdɔ me, elabena mewum ɖe vidzidɔ me be danye nanye yɔdo nam, eye eƒe vidzidɔ nalolo tegbee o. Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be makpɔ fukpekpe kple nuxaxa eye nye ŋkekewo nawu nu le ŋukpe me?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/21-a8fe5d409ac9048473ee7c798a11d331.mp3?version_id=1613,"Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be, “Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.” Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina. Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me. Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo. Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’ “Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom. Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe. Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe. “Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya: O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta. Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?”  Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta, maɖe dzo ade miaƒe avewo me, eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.” ’ ” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/22-45716b65cdaf443c14ce0c10e257d749.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye si, “Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia nɛ, ‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o; elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo. Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ ” Yehowae gblɔe. Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene. Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me. “Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’ Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ” Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o, ke boŋ fa avi vevie na ame si woɖe aboyoe elabena magatrɔ agbɔ alo akpɔ eƒe denyigba akpɔ o. Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o. Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.” “Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi eye eƒe sã to amebaba me, ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo. Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’ Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me, hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ. “Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia? Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa? Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie. Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo. Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?” Yehowae gblɔe. “Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi, ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.” Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi: “Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Eye womafa nɛ be, ‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o. Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene elabena woahee lelele le anyigba, atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.” “Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe ne woase wò gbe le Basan ke, nɔ Abarim nàfa avi kple ɣli elabena wotsrɔ̃ wò lɔlɔ̃tɔwo katã. Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be yele dedinɔnɔ me, gake ègblɔ be, ‘Nyemaɖo to wò o!’ Aleae nye wò nɔnɔme tso wò ɖekakpuime ke; ègbe, mèɖo tom kpɔ o. Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe, eye woaɖe aboyo wò lɔlɔ̃tɔwo katã. Ekema ŋu akpe wò eye woado vlo wò le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gbogboawo ta. Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon, heɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le sedatixɔwo me, aleke miahaɖe hũu, ne vevesese va mia dzi! Miase veve abe nyɔnu si le ku lém la ene!” Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo. Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na. Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo. Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.” Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃ si dim ame aɖeke mele oa? Nu ka ta woatsɔ eya kple viawo aƒu gbe ɖe anyigba si womenya o la dzi? O anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe ame si si vi mele o la ene, ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o; elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o, eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/23-7af8753d2deada26f771c59c0fe36db3.mp3?version_id=1613,"Yehowa be, “Baba na alẽkplɔla siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la vuvum hele wo kakam!” Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe. “Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le. Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi. Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ: Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye. “Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o. Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.” Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom. Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene, le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta. Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe siwo katã le gbegbe la hã yrɔ; elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to mɔ madzɔmadzɔwo dzi. “Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la, mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.” Yehowae gblɔe. “Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me eye woadze anyi ɖe afi ma. Mahe gbegblẽ ava wo dzi le ƒe si me mahe to na wo.” Yehowae gblɔe. “Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila siwo le Samaria la dome. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae. Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi: “Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be, mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm Nyagblɔɖilawo le na mi la o. Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu. Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la be ŋutegae yewokpɔ, ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o. Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be, ‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’, eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’ Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me be wòakpɔ nu alo ase eƒe nya? Ame kae ɖo to hese eƒe nya? Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le eƒe dziku helĩhelĩ me, eye yali atso abla ɖe ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ. Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu siawo gɔme keŋkeŋ. Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o, gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi. Nyemeƒo nu kpli wo o, evɔ wogblɔ nya ɖi. Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.” Yehowa be, “Kpuiƒe ƒe Mawu ko menyea, eye nyemenye Mawu si le adzɔge oa? Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe. “Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’ Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo? Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.” Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.” Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti. Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe. “Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe. Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã. Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo. Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’ Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o. Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti. Mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la va mia dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/24-4080097d4bed7e890bb490e278e8fe61.mp3?version_id=1613,"Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam. Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o. Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.” Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia. Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o. Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’ “Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte. Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo. Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo dome va se ɖe esime woatsrɔ̃, avɔ le anyigba si metsɔ na wo kple wo fofowo la dzi.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/25-92bc02d3e6a53eab9f7efe7fc26e722b.mp3?version_id=1613,"Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu. Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be: Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o. Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o. Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me. Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.” Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la, mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe. Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe. Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi. Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.” Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la. Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.” Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe. Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene. Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo, hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti, Uz fiawo katã, Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu. Edom, Moab kple Amon; kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo; Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu; Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu. Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media. Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe. Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe. “Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’ Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!” Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’ “Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me. Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene. Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o, eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o. Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa; ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo, elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m. Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta. Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/26-d7292778bfd53979250289d82764d494.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, nya sia va nam tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o. Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’ Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o, eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la), ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ” Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku! Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu. Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!” Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti. Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o. Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa. Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.” Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.” Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be, “Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’ “Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!” (Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti. Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte. Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome. Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.) Gawu la, Safan ƒe vi, Ahikam de megbe na Yeremia ale wometsɔe de asi na ameawo be woawu o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/27-971f7a4f6473bcdbf2d5e47e6a6227d9.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be: Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ. Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi. Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be, Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃. Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te. Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi. “ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe. Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o. Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃. Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.” Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe. Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me? Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò. Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ” Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi. Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo? Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o. Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti. Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti. Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi: ‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/28-794110bd3b933c4b64cffff1596d0530.mp3?version_id=1613,"Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge. Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ. Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe. Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ. Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia. Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti. Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.” Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee. Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ” Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ” Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/29-caafa1e63c21b8e0e2e739f8d079dbfe.mp3?version_id=1613,"Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo. Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia, “Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo. Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o. Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.” Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o. Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi. Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi. Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe. Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.” Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti, Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene. Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la. Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe. Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume. Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’ Elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo eye woka aʋatso le nye ŋkɔ me, evɔ nyemegblɔe na wo be wonewɔ nenema o. Menya eye menye ɖasefo nɛ.” Yehowae gblɔe. Gblɔ na Semaya, Nehelamitɔ be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be, ‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ. Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o? Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’ ” Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia. Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,” ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/30-a57cab72a40969515960acdf36022dd0.mp3?version_id=1613,"Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’ Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe. Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o. Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale? Alele, anye ŋkeke dziŋɔ eye ɖeke magasɔ kplii o! Anye xaxaɣi na Yakob, ke woaɖee le eme.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, “Le ŋkeke ma dzi la, maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo, amedzrowo magado kluvi wo azɔ o. Ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, si maɖo na wo. “Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o. Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la, womate ŋu adae o. Ame aɖeke meli aʋli tawò o, atike aɖeke meli na wò abi la o, eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o. Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ. Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti? Le wò agɔdzedze gbogboawo kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo. “ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene. Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku, elabena woyɔ wò be saɖagatɔ, Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ” Yehowae gblɔe. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa. Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome. Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o. Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o. Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me. Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to. Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome. Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie. Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be wòate ɖe ŋutinye kpokploe? Ale be mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ” Yehowae gblɔe. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le dziku helĩhelĩ me, eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ. Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o, va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le eƒe dzi dzi la de goe hafi. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/31-09ec8286d7d19bb852741a80b4d37be9.mp3?version_id=1613,"Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ame siwo metsi yi nu o la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo, mava ana dzudzɔ Israel.” Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be, “Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ, metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, magaɖo wò te eye nànɔ te. Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm. Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene; agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse. Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli tso Efraim togbɛwo dzi be, ‘Miva ne miayi Zion, ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob, mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu. Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be, ‘O Yehowa, ɖe wò amewo, ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’ Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ. Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa ne mekplɔ wo gbɔnae. Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o, ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam. “O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me. Ame si kaka Israel gbẽe la, agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene! Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle, eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me. Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o. Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe. Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã kple nye nu nyui geɖe.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama, Rahel le avi fam ɖe viawo ta eye wògbe be womegafa akɔ na ye o, elabena viawo megali o.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o, kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o, elabena fetu li na dɔ si nèwɔ, woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna. Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe. “Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be: ‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene eye mexɔ tohehe la. Gaɖom te eye matrɔ agbɔ elabena wòe nye Yehowa nye Mawu. Esi metra mɔ la, evem, metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la, meƒo akɔta. Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’ Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe. “Mitu dzesidetiwo kple mɔfiatiwo ɖe mɔto. Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu, mɔ si dzi nèto to eŋu. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me. O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla, wò vinyɔnu mawɔnuteƒe? Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi, nyɔnu aʋli ŋutsu ta.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’ Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa. Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.” Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me. Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe. “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o. Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.” Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna esi mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe. “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ. Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ame si ɖoe na ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me, ame si blu atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la, eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo maganye dukɔ le gbɔnye o.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne woate ŋu adzidze dziƒo eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la, eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ le nu siwo katã wowɔ la ta.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu. Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/32-a771cfe6938468fabdce983395718e1a.mp3?version_id=1613,"Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me. Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe. Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ” Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be, ‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’ “Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ, eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ. Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me. Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti. Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume. “Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk. ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi. Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’ “Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be: “O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o. Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu. Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia. Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã. Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu. Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo. “Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene. Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ” Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa? Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe. Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti. “Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe. Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta. Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa. Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o. Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui. Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o. Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me. Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui. Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o. Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo. Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi. Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/33-505bfc6309530e8e24c598adcc76cfd3.mp3?version_id=1613,"Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be, “Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi: ‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’ Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti, le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta. “ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu. Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene. Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo. Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’ “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe. “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii. Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe. “Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’ “Le ŋkeke mawo kple ɣeyiɣi mawo me la, mana Atilɔ dzɔdzɔe aɖe nado tso David ƒe ƒome me, awɔ nu si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le anyigba dzi. Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ, ‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’ Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo, alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’ ” Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la, ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o. Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ” Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o. Ale Yehowa gblɔe nye esi: Nenye ɖe nyemebla nu kple ŋkeke kple zã o eye mede se na dziƒo kple anyigba o la, ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/34-cf2d0af2f2440a3f31dc6d539bd6f20a.mp3?version_id=1613,"Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe. Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae. “ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o, ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ” Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem, esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda. Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe. Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o. Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo. Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo. Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be, ‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o. Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me. Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo. “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã. Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene. Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la, makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo. “Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la. Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/35-ca0a18fbe8ed3b8bd6c35f933917b60c.mp3?version_id=1613,"Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Yehoyakim, Yosia ƒe vi le fia ɖum le Yuda. “Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.” Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã. Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame. Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.” Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o. Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’ Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ, alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o. Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi. Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.” Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe. ‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom. Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o. Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’ “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ” Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’ Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/36-da661397dd86c8fadbda94fde776532d.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, “Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.” Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi. Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va. Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.” Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me. Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va. Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la, eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã. Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la, dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la. Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.” Tete Baruk xlẽe na wo. Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.” Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?” Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.” Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.” Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ. Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me. Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo. Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla. Esi fia la tɔ dzo lãgbalẽ si dzi Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yeremia gblɔ nɛ ɖo la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be: “Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe. Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?” Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me. Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ” Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/37-d9642cfe511855f42d47695a5f1b3949.mp3?version_id=1613,"Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe. Ke eya loo, alo eƒe dɔlawo alo ame siwo le anyigba dzi la meɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi o. Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.” Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o. Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem. Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi. Ekema Babiloniatɔwo atrɔ gbɔ, ava dze du sia dzi, axɔe ahatɔ dzoe wòabi azu dzowɔ.’ “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o! Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.” Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la, Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome. Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!” Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe. Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me. Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe. Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?” Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.” Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me? Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’ Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.” Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/38-628589919d60d5fc6264841b0d219692.mp3?version_id=1613,"Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’ Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ ” Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.” Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.” Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me. Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la, Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, “Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.” Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.” Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me. Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema. Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.” Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.” Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.” Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe. Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’ ” Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.” Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe. Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi: ‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be: “ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò. Wò afɔ ɖo ba, eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’ “Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.” Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku. Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la, ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ” Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la. Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/39-b57ef0afdba66f2751a9dcd2b7aba13a.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la. Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi. Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti. Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba. Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le. Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume. Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia. Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia. Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo. Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be, “Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.” Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome. Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be: “Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me. Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe. Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/40-6dcdd6a16a850608e1e8b75cfa73aec8.mp3?version_id=1613,"Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu. Esi aʋafia la ke ɖe Yeremia ŋu la, egblɔ nɛ be, “Yehowa, wò Mawu lae gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu. Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o. Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.” Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.” Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu. Ale Yeremia yi ɖe Ahikam ƒe vi, Gedalia gbɔ le Mizpa eye wònɔ egbɔ le ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dome. Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la, wova Gedalia gbɔ le Mizpa. Ameawoe nye Ismael, Netania ƒe vi; Yohanan kple Yonatan, Karea ƒe viŋutsuwo; Seraya, Tanhumet ƒe vi; Efai Netofatitɔ viŋutsuwo kple Yazania, Makatitɔ ƒe vi kple wo ŋutimewo. Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.” Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la, wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo. Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo gale gbea dzi la va Gedalia gbɔ le Mizpa eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o. Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?” Ke Gedalia, Ahikam ƒe vi, ɖo eŋu na Yohanan, Karea ƒe vi la be, “Mègawɔ nenema o! Nya si gblɔm nèle la nye alakpa nèle dadam ɖe Ismael si.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/41-31268ecac13e96bee81c52212c5e70a8.mp3?version_id=1613,"Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la, Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi. Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti. Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la, ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee. Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.” Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me. Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo. Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo. Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la, wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to. Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ. Gake Netania ƒe vi, Ismael kple eŋutime enyi dze agbagba si le Yohanan nu yi ɖe Amonitɔwo gbɔ. Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon. Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/42-7b51899d18bd67cfaf81f035922fe872.mp3?version_id=1613,"Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ. Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.” Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.” Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o. Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.” Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia. Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi. Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi: ‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ. Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me. Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’ “Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’ ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la, ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo. Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.” ’ Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’ “O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’ Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o. Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/43-d61e85fdfae98bb0931c5e0af8a9ca35.mp3?version_id=1613,"Esi Yeremia wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nyawo gbɔgblɔ na dukɔ la nu eye esi wòwu nya siwo katã Yehowa ɖo ɖee be wòagblɔ na wo nu vɔ la, Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’ Ke boŋ Neria ƒe vi, Baruk, eyae le adã dem ta me na wò ɖe mía ŋu be, nàtsɔ mí ade asi na Babiloniatɔwo be woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí ayi ɖe Babiloniae.” Ale Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde na wo be woanɔ Yudanyigba dzi la dzi o. Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe. Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe. Ale woyi ɖe Egipte, hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu eye woɖo keke Tapanhes ke gɔ hã. Yehowa ƒe nya va na Yeremia le Tapanhes be, “Tsɔ kpe gã aɖewo ɖe asi ne Yudatɔwo ƒe ŋku le dziwò eye nàɖi wo ɖe Farao ƒe Fiasã ƒe mɔnu, ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe mɔa nu la te Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi. Ava dze Egipte dzi eye wòahe ku vɛ na ame siwo woɖo ɖi na ku, aboyomeyiyi na ame siwo woɖo ɖi na aboyomenɔnɔ eye yi na ame siwo woɖo ɖi na yi. Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me. Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/44-9fdc51d2bea5fb0bf62a0ecc75dfa4e7.mp3?version_id=1613,"Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o, ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o. Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’ Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o, eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. “Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o? Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome. Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea? Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o. “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã. Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu. Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene. Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.” Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena, “Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o! Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o. Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.” Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?” Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be, “Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa? Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene. Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.” Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’ “Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi! Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o, elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ. Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’ “Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’ Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/45-e9c5ceccc3af1b3b5f717d5ac1e08c6e.mp3?version_id=1613,"Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi: Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ ” Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi. Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/46-1fe067f356a387e69dddc63e64ff78b0.mp3?version_id=1613,"Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti. Tso Egipte ŋu: Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: “Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa! Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo, mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo! Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo! Nu ka kpɔm mele? Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe, woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi. Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.” Yehowae gblɔe. “Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o. Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to, afi mae wokli nu hedze anyi ɖo. “Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene? Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene, egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi; matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’ O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi! O, tasiaɖamkulawo, miku wo kple ŋkubiã! O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe, eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie! Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ, hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to. “O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu, yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi. Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle, elabena màhaya akpɔ o. Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi. Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo kple eve la siaa woadze anyi.” Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti. “Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’ Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba? Womate ŋu anɔ te o, elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi. Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi. Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ, le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’ Afi ma woado ɣli le be, ‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola; eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ” Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome kple Karmel le atsiaƒu to ene. Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi, mi ame siwo le Egipte, elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu be ame manɔ eme o. “Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge. Asrafo siwo wotsɔ aʋae la le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã atrɔ megbe asi adzo, womate ŋu anɔ te o, elabena woƒe gbegblẽ gbɔna eye woƒe tohegbe va ɖo. Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la, Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene, woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu siwo lãa ati ene. Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la, woalã wo akɔ ɖi. Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo eye womate ŋu axlẽ wo o. Yehowae gblɔe. Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu eye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi. Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe. “O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o; O Israel, wò mo megatsi dãa o. Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo ɖo ɖo la. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o. Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/47-6575eb4bb6a57839c936ea5e960f6185.mp3?version_id=1613,"Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso Filistitɔwo ŋu hafi Farao va dze Gaza dzi: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ale si tɔwo le ɖɔɖɔm le anyiehe ɖa, woaɖɔ agbagba, anɔ sisim kple ŋusẽ. Woaɖɔ axɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi, duwo kple wo me nɔlawo katã dzi. Ameawo alé avi me sesĩe eye ame siwo katã le anyigba dzi la, afa avi kple ɣli, nenye be wose sɔ siwo le du dzi la ƒe afɔzi kple futɔwo ƒe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ kple woƒe afɔtiwo ƒe totro. Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu o elabena woƒe asi adɔ agblɔ ɖe wo ŋu, elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã, eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa, ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu. Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo, ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo. Gaza ako ta kolikoli abe funyila ene, eye wòaɖo asi Askelon dzi be wòazi ɖoɖoe. O, mi ame siwo susɔ ɖe tagba, ɣe ka ɣie miasi mia ɖokuiwo ase ɖo? “Èdo ɣli be, ‘Ao, Yehowa ƒe yi, ɣe ka ɣi hafi nàgbɔ ɖe eme? Tɔ, trɔ yi ɖe wò aku me eye nànɔ anyi kpoo.’ Aleke wòadzudzɔe esi wònye Yehowae ɖoe nɛ, esi wòɖe gbe nɛ be wòadze Askelon kple ƒutaduwo dzi?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/48-6aa49f100c086188da1a959ff232985a.mp3?version_id=1613,"Tso Moab ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Baba na Nebo elabena azu aƒedo. Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe; woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe. Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme. Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa, enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli. Woamu Moab aƒu anyi eye via suewo afa avi. Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe. Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta. Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene. Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la, woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee, kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu. Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o. Woagblẽ balimewo eye woakaka towo elabena Yehowae gblɔe. Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo, ame aɖeke maganɔ wo me o. “Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu! Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu! “Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o. Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu siwo trɔa nu le gowo me la ɖa eye woatrɔe aƒu gbe, woana eƒe gowo naɖi gbɔlo eye woagbã eƒe kpluwo. Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’ “Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo, kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’ Woagbã Moab kple eƒe duwo eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.” Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe. “Moab ƒe anyidzedze tu aƒe, eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba. Mi ame siwo katã ƒo xlãe, mifa nɛ eye ame siwo katã nya ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be, ‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’ “Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo. Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’ Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu. Do ɣli, nàfa avi sesĩe! Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab. Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi. Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi. Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi. Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi, Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi, esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi. Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.” Yehowae gblɔe. “Mina aha Moab wòano amu, aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me, eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe. Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa? Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea? Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me, miayi aɖanɔ agakpewo tome. Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.” Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo, ɖokuidzadzra kple amemabumabu kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi. Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe, elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o. Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu. Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo. O, mi Sibma wainkawo, mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene. Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke. Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo kple wò wainkpowo dzi. Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le Moab ƒe agblewo me. Metsi wain nu le wainfiamɔwo me, ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o. Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la, menye dzidzɔɣlie o. “Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon, yi Eleale kple Yahaz ke. Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim, Eglat Selisia gɔ̃ hã, elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie. Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe mawuwo la dzi le Moab.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene, eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo, elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo. Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe, wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi. Le Moab ƒe xɔwo katã tame kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o, elabena megbã Moab abe kplu si ame aɖeke mele didim o la ene.” Yehowae gblɔe. “Wogbãe gudugudu loo! Wole ɣli dom ale gbegbe! Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi! Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na ame siwo katã ƒo xlãe.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba, keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi. Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo. Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe. O, Moabtɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple mɔka le mia lalam.” Yehowae gblɔe. “Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me, mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me, elabena mahe toheɣi va Moab dzi.” Yehowae gblɔe. “Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe, elabena dzo tso Hesbon eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina, efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu, dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo. Baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ Kemostɔwo, wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo. “Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo ava la me.” Yehowae gblɔe. Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/49-004a3500736a815e6238d017ee2f5e7a.mp3?version_id=1613,"Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyilawo mele esi oa? Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ? Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?” Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe. “O Hesbon, fa avi kple ɣli, elabena wogbã Ai! Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo! Mita akpanya ne miafa konyi; miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me, elabena Molek ayi aboyo me, kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti. Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’ Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.” Aƒetɔ lae gblɔe. “Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o. “Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.” Yehowae gblɔe. Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia? Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi, miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me, elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi, ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ. Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa? Gake nye la, maɖe amama Esau, mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be mate ŋu aɣla eɖokui o. Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃ eye womaganɔ anyi o. Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi, maʋli woƒe agbe ta. Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.” Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.” Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ: Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be, “Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi! Mitso, midze aʋa!” “Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie. Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe. “Edom azu ŋɔdzinu, ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta. Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la ene ale be ame aɖeke manɔ afi ma o, ŋutsu aɖeke manɔ eme o.” Yehowae gblɔe. “Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?” Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta. Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu; eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke. Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi, eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi. Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene. Damasko zu nu beli, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ, elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene. Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o? Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me, eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe. Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.” Yehowae gblɔe. Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo. Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’ “Misi dzo kaba! Mi ame siwo le Hazor, mibe ɖe agado goglowo me.” Yehowae gblɔe. “Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò, ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò. “Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi. Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.” Yehowae gblɔe. “Woƒe kposɔwo azu nuhaha eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu. Makaka ame siwo le didiƒewo, be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va wo dzi le go sia go me.” Yehowae gblɔe. “Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo eye wòazu aƒedo tegbetegbe. Ame aɖeke manɔ afi ma o; aƒe aɖeke manɔ eme o.” Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da, si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe. Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o. Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume, eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,” Yehowae gblɔe. “Mati wo yome kple yi va se ɖe esime matsrɔ̃ wo katã. Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.” Yehowae gblɔe. “Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo gbɔna me.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/50-f8127123f7d9edf931d95e2af73a94af.mp3?version_id=1613,"Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti: “Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’ Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ. Ame aɖeke manɔ edzi o, amewo kple lãwo siaa asi adzo.” Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la, Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ kple avi. Woabia Zion ƒe mɔ ta ase eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ. Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa, nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o. “Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene, woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae eye wona wole tsatsam le towo dzi. Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be. Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo; woƒe futɔwo gblɔ be, ‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe lãnyiƒe vavã, kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’ “Misi do go le Babilonia, midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene, elabena made adã ta me na dukɔ siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu. Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu eye woava lée tso anyiehe gome. Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o, elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me la tɔwo ene. Ale Babilonia azu nuhaha eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.” Yehowae gblɔe. “Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi, kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene, hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la, Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi eye ame si dzi mi, woado vloe. Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple dzogbe. Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la, ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo. Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta. “Mi ame siwo daa aŋutrɔ, midze aʋa ɖe Babilonia ŋu. Mida aŋutrɔe! Midae, ɖeke megasusɔ o, elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta! Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e; miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene. Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi. Le nugblẽla ƒe yi ta la, ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. “Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe. Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae nye Babilonia fia Nebukadnezar.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba abe ale si mehe to na Asiria ene. Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim kple Gilead togbɛwo dzi.” Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me, woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze gake womakpɔ ɖeke o eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo gake womakpɔ ɖeke o, elabena matsɔe ake ame susɔe siwo megblẽ ɖi.” Yehowa be, “Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod. Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò. Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim. Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale! Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale! O Babilonia, metre mɔ na wò eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã. Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe, elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi. Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi. Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo, milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene. Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o. Miwu eƒe nyitsu viwo katã; mikplɔ wo yi lãwuƒee! Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo, ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe. Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm wole le Zion tso ale si Yehowa, míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe, ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ. “Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ, ne woaɖe to ɖe Babilonia, ame siwo katã hea da me la neva. Miva ɖe to ɖee godoo va kpe, migana ame aɖeke nasi o. Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ, miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene. Elabena edze aglã ɖe Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be, “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala, elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo. Dadala la akli nu adze anyi eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o. Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia ame siwo katã ƒo xlãe la hã.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi. Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ, eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu. Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba, gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.” Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome! Etso ɖe ame siwo le Babilonia, woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti! Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu eye woazu bometsilawo. Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome eye ŋɔdzi alé wo! Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti eye woanɔ abe nyɔnuwo ene! Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu eye woaha wo! Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me, ne woamie ƒiaƒiaƒia, elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo, legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.” Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo kple amegaxiwo anɔ afi ma, eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma. Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o, tso dzidzime yi dzidzime. Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo lae ene, ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.” “Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna, wode adã ta me na dukɔ gã aɖe kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna. Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Babilonia vinyɔnu. Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me, hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la, nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi! Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia? Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?” Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu: Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta. Babilonia xɔxɔ ƒe ɣli ana anyigba naʋuʋu, eye eƒe aviɣli aɖi le dukɔwo dome." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/51-3ed085e0a95d8c6eb0397bd5ccecb3cd.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti. Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia be woagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba. Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me le eƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o. Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o, ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ. Woadze anyi aku ɖe Babilonia eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi. Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o, togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã. “Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ. Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa. Babilonia adze anyi kpata, eye woagbã gudugudu. Fa avi sesĩe ɖe eta! Di dɔyɔmi na eƒe vevesese, ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ. “ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia, gake womate ŋu ayɔ dɔe o; mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me, agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo, eye wòkɔ abe lilikpo ene.’ “ ‘Yehowa tso afia na mí, miva, míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’ “Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ. Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi. Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò. “Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee. Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo. “Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o. Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃. Ke ame si nye Yakob ƒe gome la mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nuwo katã wɔla eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. “Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam, wòe metsɔ kaka dukɔwoe, wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe. Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae. Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue; wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe, wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie. Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae, wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe. “Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò, O, wò to nugblẽla, wò si gblẽ xexea me katã. Mado nye asi ɖe gbɔwò, atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene. Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.” Yehowae gblɔe. “Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu. Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii. Media fiawo, woƒe dziɖulawo, woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii. Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be, wòado gbegbe Babilonianyigba ale be ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o. Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo. Duƒula kplɔ duƒula ɖo eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigba eye ŋɔdzi lé asrafoawo.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.” “Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe. Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi. Zion nɔlawoe gblɔe.” “Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ” Yerusalemtɔwoe gblɔe. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla. Babilonia azu anyiglago, amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu, teƒe si ame maganɔ akpɔ o. Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene eye wole gbe tem abe dzataviwo ene. Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe. “Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge. “Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi! Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome! Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi. Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba, dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ alo mɔzɔla aɖe nato ayi o. Mahe to na Bel le Babilonia eye mana wòaɖe nu si wòmi. Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi. “Nye amewo, mido le wo dome! Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe! Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu. Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o. Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to na Babilonia legbawo godoo eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi. Ekema dziƒo kple emenuwo kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu, elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.” Yehowae gblɔe. “Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la, nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi. Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi eye mibu Yerusalem ŋu.” “Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.” Yehowa be, “Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le eƒe anyigba blibo la dzi. Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la, madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.” Yehowae gblɔe. “Avi le ɖiɖim tso Babilonia, gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi. Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu. Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee ne ƒu dze agbo ene la, nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi. Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ. Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la, emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu ami si kɔm wole ɖe dzoa me.” Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti. Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia. Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’ Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me. Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ” Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JER/52-c59773bf5c96780787e3db8a0acb8e94.mp3?version_id=1613,"Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene. Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti. Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe. Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le. Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu. Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe. Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee. Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe. Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo. Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o. Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me. Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka. Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla. Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi. Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme: Le eƒe ƒe adrelia me, Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (3,023); Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me, Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve (832); Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me, Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃ (745), ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe. Aboyomeyilawo katã le ame akpe ane, alafa ade (4,600). Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi. Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ. Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TH/1-dcbe1479b74029293e74263bbfc165b1.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe. Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o. Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi, elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã. Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya. Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o, elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí. Eye wogblɔ hã na mí be miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ va tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me, eye wònye Ɖela si ko ate ŋu aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TH/2-40e5fc8c5984481c65cdc99f18fe48c9.mp3?version_id=1613,"Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mie. Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã. Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me, elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o. Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene. Míelɔ̃ mi vevie, eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o, ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o. Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome. Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa? Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura gɔ̃ hã la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me. Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene. Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti, eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la (míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o), míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa, gake mete ŋu dze edzi o. Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe mɔ na mí o. Nu ka gɔ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí, eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va, elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TH/3-f488d4be6ef8a6a4a06175fbbd62a365.mp3?version_id=1613,"Mlɔeba la, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene, eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi, ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo. Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene. Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa, be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ tela va te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro. Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le miaƒe xɔse ta. Elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me. Aleke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta, ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta? Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atraɖii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale be míate ŋu aɖe kuxi siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa. Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene. Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TH/4-856c5775ebcf219afb6520f79cfd0802.mp3?version_id=1613,"Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã. Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me. Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o. Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene. Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũu kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo. Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o, ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la ƒe sewo dzi dam wòle. Meka ɖe edzi be megahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo. Le nyateƒe me la, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be ele alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu. Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene. Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o. Nɔviwo, nyemedi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o. Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu. Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o. Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe, eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TH/5-66d5091e3799634476994be7cd757e4c.mp3?version_id=1613,"Ɣe ka ɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o, elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene. Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene. Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o, eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi. Zã mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha. Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene. Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe. Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene. Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la, míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me, eye woxlɔ̃a nu mi. Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame. Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe. Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi. Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me. Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. Migado vlo nyagblɔɖiwo o. Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi. Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta. Mido gbe na nɔviwo katã le Kristo me. Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEP/1-ea45c8350eb3dc060f5f5bfa8597d6f4.mp3?version_id=1613,"Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli. “Makplɔ nu sia nu si le miaƒe anyigba dzi la ɖa ƒioƒioƒio.” Yehowae gblɔe. “Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe. “Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa, ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek, kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.” Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti. “Le Yehowa ƒe vɔsagbea la, mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo, kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo. Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.” Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi. Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃. Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’ Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.” Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ, egbɔna kpuie. Miɖo to, le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la, woado ɣli kple vevesese, aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma. Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe, Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe, ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu. “Mahe xaxa va ameawo dzi, eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene, elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu. Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene, eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene. Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEP/2-aba5f9b3ff6f1a62cddd531bd5ecc263.mp3?version_id=1613,"Miƒo ƒu! Miƒo ƒu! O, dukɔ si ŋu mekpena o, hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò. Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi. Gaza azu aƒedo, eye Askelon azu gli gbagbã. Le ŋdɔkutsu me woalɔ Asdod ƒioƒioƒio, eye woaho Ekron kple ke. Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.” Keretitɔwo ƒe nɔƒe si le ƒuta la, azu alẽkpo kple nɔƒe na alẽkplɔlawo. Anye ame mamlɛ siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la tɔ, afi mae woakpɔ lãnyiƒe le. Le fiẽ me la, woamlɔ Askelontɔwo ƒe aƒewo me. Yehowa, woƒe Mawu la akpɔ wo ta, eye wòagaɖo wo te. “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti. Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene, eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe; nye ame siwo susɔ la aha wo, eye woaxɔe le wo si.” Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti. Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo. “Mi Kustɔwo, woatsrɔ̃ miawo hã kple yi.” Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene. Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo. Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee. Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma, akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me, eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m; eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu. Mlɔeba la, ʋuƒo nyui siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu. Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ZEP/3-e14a3a7bfa57d26c87527616b19db0c3.mp3?version_id=1613,"“Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo. Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o. Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene. Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wonye ame vɔ̃ɖiwo. Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la, eye wodo vlo Mawu ƒe seawo. Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o. “Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o. Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã. “Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe. Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam. Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o. Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo, ame siwo xɔ nye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome. Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o, womada alakpa o, eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o. Woaɖu nu, amlɔ anyi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.” O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli, kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso, O Yerusalem vinyɔnuvi! Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o. Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o. Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.” “Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu, elabena wonyea agba kple mokaka na mi. Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le. Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/1-5e1b2319fe8b4c1e11f5e6fcdaa97da1.mp3?version_id=1613,"Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, Benyamin, Dan, Naftali, Gad kple Aser. Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso. Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu. Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o. Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa. Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.” Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao. Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu eye wogazi wo dzi wu tsã. Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be, “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.” Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe. Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?” Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!” Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã. Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/2-75fce5465e4d2c3780eacaafeff5d703.mp3?version_id=1613,"Ŋutsu aɖe si nye Levitɔ la ɖe nyɔnu aɖe si hã nye Levitɔ. Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Esi nyɔnu la kpɔ be ye viŋutsu la dze ɖeka ŋutɔ la, eɣlae ɖe aƒe me ɣleti etɔ̃. Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me. Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi. Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ. Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.” Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?” Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ! Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, “Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!” Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie. Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe. Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi. Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me. Ke esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa be yeaɖakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ Hebritɔ eve wonɔ kɔ dam, eye wòbia ame si di ge la be, “Nu kae nye esi wɔm nèle, hele wò ŋutɔ nɔviwò Hebritɔ ƒom ale?” Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.” Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to. Ɖetugbi adre, ame siwo nye Midian nunɔla ƒe vinyɔnuwo la va be yewoaku tsi ana yewo fofo ƒe alẽha. Ke alẽkplɔla aɖewo va nya wo. Ale Mose tsi tsitre va xɔ na wo, eye wòna tsi woƒe alẽhawo. Esi ɖetugbiawo trɔ yi aƒe me la, wo fofo, Reuel bia wo be, “Nu kae na miekpɔ tsi na alẽwo egbe ya kaba nenema?” Woɖo eŋu nɛ be, “Egiptetɔ aɖee xɔ mí le alẽkplɔla mawo ƒe asi me, eye wòku tsi na míaƒe alẽhawo.” Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.” Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe. Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.” Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku eƒe ŋugbedodo na Abraham, Isak kple Yakob dzi. Ale Mawu kpɔ Israelviwo ƒe nublanui, eye wòtsɔ ɖe le eme na wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/3-1727c2bc25996f444a2ebfda4ad2070f.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu. Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la, Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.” Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.” Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo. Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ. Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me, eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia. Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe. Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.” Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?” Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.” Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?” Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ” Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ. “Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte. Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’ “Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’ Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi. Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi. “Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o! Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/4-83970ac4a0adf5f152897cd3020e559f.mp3?version_id=1613,"Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ” Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba.” Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ. Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi! Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.” Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi. Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene! Yehowa gblɔ be, “Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase. Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.” Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.” Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa? Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.” Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.” Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò, eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi. Eyae anɔ tewòƒe, eye wòaƒo nu na ameawo. Wò la, ànɔ nɛ abe Mawu ene, gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.” Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.” Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu wò la, ku xoxo.” Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ! Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o. Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi. Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ” Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui. Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.” Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.) Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ. Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ. Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo. Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ. Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/5-fbbaa653163dcfa8f7f50b7f0ef61798.mp3?version_id=1613,"Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ” Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.” Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.” Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!” Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.” Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be, “Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu. Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’ Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.” Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o. Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’ ” Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim. Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.” Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?” Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea? Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.” Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’ Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!” Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o. Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la, wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.” Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa? Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/6-4fbc0aad9cc161d957b15b75f0ee1e71.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.” Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa. Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o. Mewɔ nubabla tɔxɛ aɖe kpli wo. Le nubabla sia ƒe ɖoɖowo nu la, medo ŋugbe be matsɔ Kanaanyigba, afi si wonɔ abe amedzrowo ene la na wo. “Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi. “Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo. Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ” Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta. Yehowa gaƒo nu na Mose, gblɔ nɛ bena, “Gayi Farao, Egipte fia gbɔ eye nàgblɔ nɛ be, ele be wòaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.” Ke Mose ɖe ɖeklemi Yehowa hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, ne Israelviwo maɖo tom o la, aleke Farao ya aɖo tom, elabena nyemenye nuƒola nyui hã o.” Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte. Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo. Simeon ƒe viwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu. Esiawoe nye Simeon ƒe towo. Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). Gerson ƒe viwoe nye: Libni, Simei kple woƒe hlɔ̃wo. Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). Merari ƒe viwo: Mahli kple Musi. Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu. Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). Izhar ƒe viwo: Korah, Nefeg kple Zikri. Uziel ƒe viwo: Misael, Elzafan kple Sitri. Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar. Korah ƒe viwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me. Aron ƒe viŋutsu, Eleaza, ɖe Pituel ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye Finehas nye viawo dometɔ ɖeka. Esiawoe nye Levitɔwo ƒe ƒomewo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo katã kple ƒome siwo nɔ hlɔ̃awo me. Aron kple Mose, siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖe dzidzimegbalẽ sia me la nye: Aron kple Mose, ame siwo Yehowa gblɔ na be, “Mikplɔ Israelviwo katã dzoe le Egiptenyigba dzi.” Woawoe yi Egipte fia Farao gbɔ be yewoabia mɔ hena Israelviwo kpɔkplɔ dzoe le Egiptenyigba la dzi, wonye Mose kple Aron. Azɔ esi Yehowa ƒo nu na Mose le Egipte la, egblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa. Gblɔ nya sia nya si megblɔ na wò la na Egipte fia Farao.” Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/7-10ffc26dd87c45ec603ee11a79e51794.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene. Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte. Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi. Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi. Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo. Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.” Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da. Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ! Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o. “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o. Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ” Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume. Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu. Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o. Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/8-2a672b264df8a9754d0b479ae4d4b2e0.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava xɔ wò anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi. Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me. Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.” Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi. Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi. Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.” Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.” Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o. Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.” Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu. Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa. Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi. Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo xɔ Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo kɔ ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi. Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa. Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi. “ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi, elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ ” Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi. Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.” Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí. Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.” Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.” Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.” Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa. Eye Yehowa wɔ nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meganɔ anyi o. Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/9-86f52b2b2755ec9450428f0923109e63.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye. Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la, ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi. Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ” Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.” Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o. Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko! Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Milɔ dzowɔ asiʋlo aɖewo tso kpo me, eye Mose nawui ɖe yame le Farao ŋkume. Dzowɔ la akaka abe ʋuʋudedi ene ɖe Egiptenyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe nate amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.” Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi. Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã. Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene. Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o. Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi. Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi. Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o, eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o. Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’ ” Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me. Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi. Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.” Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa. Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o. Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ. Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ. Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia. Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.” Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum. Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.” (Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi, ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.) Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza. Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me. Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/10-0656aab477ab0251754f0aa6a8d909b4.mp3?version_id=1613,"Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia. Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.” Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm. Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ. Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi. Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume. Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.” Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?” Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.” Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me. Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume. Yehowa gblɔ na Mose be, “Keke wò asiwo ɖe Egiptenyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nado, woaxɔ anyigba blibo la dzi, eye woaɖu nu sia nu si kpetsi la gblẽ ɖi.” Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ. Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o, elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o. Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu. Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.” Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa, eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o! Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o. Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.” Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene. Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.” Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la. Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.” Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o. Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.” Mose ɖo eŋu be, “Enyo; mesee. Nyemagado ɖe wò ŋkume azɔ o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/11-ccce1ae54f0a8c894c1bb8131114b678.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi. Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.” Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ. Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina. Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku. Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o. “ ‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome! Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me. Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.” Ale togbɔ be Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo le Farao ŋutɔ ƒe ŋkuta gɔ̃ hã la, Yehowa gana Farao gasẽ dzi me kokoko, ale be mena Israelviwo dzo le anyigba la dzi o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/12-bb983d0f86ded48f4c77fea9985cd991.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be, “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me. Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu. Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu. Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o. Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me, woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le. Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã. Migaɖui mumu alo aɖae hafi aɖu o, ke boŋ mimee dɔnogoe, ta kple afɔwo siaa. Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ. Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye. “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa. Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o. “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko. “ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime. Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ. Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.” Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la. Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o. “Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o. Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum, eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu. Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene. Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã. Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o. Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene. Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.” Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.” Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta. Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si. Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ! Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ. Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo. Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o. Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430). Le ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430) lia ƒe nuwuwu, le ŋkeke ma dzi tututu la, Yehowa ƒe amewo katã ʋu le Egipte. Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti. “Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o, gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui. Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o. Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o. Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi. “Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o. Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.” Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na wo to Mose kple Aron dzi la dzi. Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/13-af55ef6c19e659a43ee49ad25bd96861.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose bena, “Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!” Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o. Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum. Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo maʋamaʋã, eye le ŋkeke adrelia gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Yehowa. Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o. Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’ Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ. Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe. “Ne Yehowa kplɔ mi yi anyigba si ŋugbe wòdo na mia fofowo ƒe geɖewo nye esi va yi, afi si Kanaantɔwo le fifia dzi la, miɖo ŋku edzi be, miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ. Miate ŋu atsɔ agbo alo gbɔ̃tsu aɖɔli tedzitsu. Ke ne ame aɖe medi be yeawɔ alea o la, ele na amea be wòawu tedzi la. Ke ele be miaƒle viŋutsuvi ŋgɔgbeviwo katã ta. “Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi. Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’ Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.” Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte. Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ. Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi, elabena Yosef na Israelviwo ka atam le Mawu ƒe ŋkume be yewoatsɔ eƒe ƒuwo ɖe asi ne Mawu akplɔ yewo adzoe tso Egipte, abe ale si wòka ɖe edzi be Mawu awɔe ene. Esi wodzo le Sukɔt la, woƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la to. Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa. Lilikpo dodo la kple dzo bibi la siaa mebuna ɖe wo ɣe aɖeke ɣi o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/14-911b4b39024c1648c8be7f9d12c0f3d0.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu, elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’ Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la. Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?” Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi. Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu. Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome. Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ. Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte? “Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!” Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o. Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi. Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi. Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.” Mawudɔla si nɔ Israelviwo kplɔm la trɔ yi Israelviwo megbe, nenema ke lilikpo dodo si nɔ wo ŋgɔ la hã trɔ yi wo megbe, ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o. Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve, eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm. Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome. Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi. Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota. Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/15-14d02334dfc81b8b58e44ebb9fbcbe81.mp3?version_id=1613,"Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me. “Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi. Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa. Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi. Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ. “Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene. Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina. Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’ Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te. “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo? Èdo wò nuɖusi ɖa, eye anyigba mi wo. “Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae. Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo. Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi. Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la. “Yehowa aɖu fia tegbetegbe!” Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me. Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe. Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.” Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o. Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.) Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?” Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ. “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.” Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/16-20f3ec5e641d15d6de15a997bf0352f3.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe. Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie. Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã. Gblɔ na wo be, woafɔ nuɖuɖu si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve le kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke adelia dzi.” Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi. Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?” Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.” Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’ ” Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la, eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene. Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu. Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.” Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o. Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu. Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.” Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna. Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã. Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.” Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene. Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o. Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.” Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o. Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo? Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.” Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene. Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’ ” Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.” Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma. Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu. (Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.)" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/17-d6ce1872b1e6f0a43d961b73141dc1fe.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o! Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?” Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?” Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi. Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume. Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?” Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim. Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!” Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi. Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi. Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to. Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.” Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.” Mose gblɔ be, “Elabena wodo aflaga ɖe dzi le Yehowa ƒe fiazi la ŋgɔ, Yehowa anɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo tso dzidzime yi dzidzime.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/18-67c63afd8f73f0fe84f6305f694e1145.mp3?version_id=1613,"Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti. Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ. Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ. Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.” Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu. Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa. Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti. Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel. Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.” Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume. Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome. Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?” Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.” Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o. Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume. Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo. “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.” Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu. Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo. Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/19-0a69887acda8a7cd8bfdc044aedddc6d.mp3?version_id=1613,"Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi. Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te. Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene. Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã. Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.” Esi Mose trɔ gbɔ tso to la dzi la, eyɔ kplɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na wo. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo. Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume. Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku. Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!” Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo. Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.” Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃. Mose kplɔ wo tso woƒe agbadɔwo me be woado go Mawu; ena wotsi tsitre ɖe to la te. Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe. Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe. Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku. Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.” Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.” Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.” Ale Mose ɖi yi ameawo gbɔ, eye wògblɔ nya si Mawu gblɔ nɛ la na wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/20-0fed5fa4a276109e52998a662f384c01.mp3?version_id=1613,"Eye Mawu gblɔ nya siawo be: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o. Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi, Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o. Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe. Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me. Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o, elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe. Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. Mègawu ame o. Mègawɔ ahasi o. Mègafi fi o. Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.” Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃. Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.” Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.” Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo. Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o! “ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo. Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o. Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/21-66155dea1dda624f0df2ae40b418d1e3.mp3?version_id=1613,"“Se bubu siwo dzi miawɔ la woe nye: “Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me. “Ne ezu wò kluvi hafi va ɖe srɔ̃ la, ekema eya ɖeka koe azu ablɔɖeme. Ke ne eɖe srɔ̃ hafi va zu wò kluvi la, ekema eya ŋutɔ kple srɔ̃a siaa azu ablɔɖemewo le ŋkeke ɖeka ma dzi. Ke ne aƒetɔ aɖe ɖe srɔ̃ na eƒe kluvi, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo la, ekema srɔ̃nyɔnu la kple wo viwo aganye aƒetɔ la tɔ, le esime kluvi la ya azu ablɔɖeme. “Ke ne kluvi la ɖe gbeƒã be, ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, eya ta nyemedi be mazu ablɔɖeme o’ la, ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe. “Ne fofo aɖe dzra via nyɔnu wòzu kosi la, mazu ablɔɖeme le ƒe ade megbe abe ŋutsuwo ene o. Ne kosi la ƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o la, ekema aƒetɔ la ate ŋu ana ame bubu naƒlee. Ke aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzra kosi la na dukɔ bubu me tɔwo o, elabena eda vo ɖe kosi la ŋu le esime megadi be wòaganye ye srɔ̃ o ta. Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. Ne aƒetɔ la ŋutɔ ɖe kosi la, eye wògaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, mele be wòaɖe kosi la ƒe nuɖuɖu alo nutata dzi akpɔtɔ loo alo agbe egbɔdɔdɔ abe srɔ̃a ene o. Ne ŋutsu la gbe nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖeka wɔwɔ la, ekema kosi la kpɔ mɔ adzo, eye maxe fe aɖeke o.” “Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui. Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe. Gake ne ame aɖe dze nɔvia dzi kple tameɖoɖo be yeawui la, ekema ne ele nye vɔsamlekpui ŋgɔ gɔ̃ hã la, ele be miahee ado goe, awui. “Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa. “Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo. “Ele be woawu ame sia ame si ado vlo dadaa alo fofoa alo aƒo fi ade wo dometɔ aɖe. “Ne ame eve le avu wɔm, eye ɖeka ƒu kpe nɔvia alo tu kɔe, eye wòwɔ nuvevii wòle be wòatsi aba dzi, gake meku o, ne egate ŋu zɔ emegbe kple atizɔti gɔ̃ hã la, womahe to aɖeke na ame si ƒoe la o, ɖeko woana wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si wògblẽ la ta va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ nyuie; ele be wòaxe eƒe dɔdaƒe hã. “Ne ame aɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi wòku ɖe eƒe asi me la, woahe to nɛ kokoko. Ke ne kluvi la alo kosivi la meku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe o la, ekema mele be woahe to aɖeke na aƒetɔ la o, elabena eya ŋutɔ tɔe nye kluvi la alo kosi la. “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye le avu la wɔwɔ me la, avuwɔla ɖeka wɔ nuvevi funɔ aɖe, eye fua gblẽ nɛ, gake meku o la, ekema woana ŋutsu la naxe fe sia fe si funɔ la srɔ̃ abla nɛ, eye ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖe edzi nɛ. Ke ne nuveviwɔame aɖe ana funɔ la naku la, woawu ame si wɔ nuvevi lae. “Ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe, dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, kabi ɖe kabi teƒe. “Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi, eye ŋku la tsi la, ekema kluvi la alo kosi la azu ablɔɖeme le eƒe ŋku la ta. Ne aƒetɔ aɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi la, ele be wòaɖe asi le kluvi la ŋu le eƒe aɖu si ŋe la ta. “Ne nyi aɖe tu dzo ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe wòku la, woaƒu kpe nyi la wòaku; womaɖu eƒe lã o, eye womabia nya aɖeke ame si ƒe nyi wònye o. Ke ne amewo nya be nyi la nɔa dzo tum ame, eye wona nyanya nyitɔ la, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema ne nyi la wu ame aɖe la, woaƒu kpe nyi la wòaku, eye woawu nyitɔ la hã. Ke ne ƒometɔwo lɔ̃ la, woaxe fe si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖo, ekema womagawu nyitɔ la o. “Woazɔ ɖe se sia ke dzi ne nyi aɖe wu ŋutsuvi alo nyɔnuvi. Ke ne nyi la wu kluvi alo kosivi la, ekema woaxe klosalo blaetɔ̃ na kluvi la alo kosi la ƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyi la wòaku. “Ne ame aɖe ɖe vudo, metu nu enu o, eye ame aɖe ƒe nyi alo tedzi ge ɖe eme la, ekema ame si ƒe vudo wònye la axe fe na nyitɔ ɖe lã la ta, eye lã kuku la azu vudotɔ tɔ. “Ne ame aɖe ƒe nyitsu tu dzo ame bubu ƒe nyitsu wòku la, ekema nyitɔ eveawo adzra nyi gbagbe la, ama ga la, eye woama nyi kuku la hã ƒe lã sɔsɔe. Ke ne amewo nya be nyi la tua dzo nyi bubuwo, eye wona nyitɔ la nya, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema nyitɔ la maxɔ ga si wokpɔ tso nyi gbagbe la dzadzra me ƒe ɖeke o, ke boŋ axe fe ɖe nyi kuku la ta, eye wòazu etɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/22-ef81d036517aaff265bb382b0465d86d.mp3?version_id=1613,"“Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ele be fiafitɔ la natsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi ɖeka si wòfi la teƒe, eye wòatsɔ alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe. “Ne wolé fiafitɔ aɖe wònɔ gegem ɖe ame aɖe ƒe aƒe me be yeafi fi le zã me, eye wowui la, amewula la medze agɔ o. Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu. “Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve. “Ne ame aɖe nya hafi ɖe asi le eƒe lã aɖe ŋu wòge ɖe ame bubu ƒe waingble me alo wòna wòyi ame bubu ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo aɖo nu siwo eƒe lã la gblẽ la teƒe wòasɔ gbɔ ade nugbegblẽ la nu. “Ne ame aɖe tɔ dzo gbe le eƒe anyigba dzi, eye dzo la yi ɖabi agblemenuku siwo woxa da ɖi loo alo esiwo womexa haɖe o le ame bubu ƒe agble me la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naxe fe ɖe nu siwo katã dzo la gblẽ la ta. “Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve. Ke ne womenya fiafitɔ la o la, ekema woakplɔ ame si si wotsɔ ga la alo adzɔnuawo dee la ayi Mawu ŋkume be Mawu naɖee afia nenye eya ŋutɔe fi nɔvia ƒe nuawo loo alo menye eyae o. “Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia. “Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lã bubu aɖe na nɔvia be wòakpɔ edzi na ye, eye lã la ku, alo nuvevi wɔe alo wòsi, eye ame aɖeke menya nu si tututue wɔe, eye woate ŋu aɖi ɖase le eŋu o la, ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o. Ke nenye ɖe wofi lã la alo nua la, ekema ele be dzikpɔla la naɖo eteƒe na nutɔ. Nenye lã wɔadã aɖee wui la, ekema ele be dzikpɔla la natsɔ lã la ƒe kukua vɛ abe ɖaseɖiɖi kple kpeɖodzi ene. Ekema teƒeɖoɖo aɖeke mahiã o. “Ne ame aɖe ɣe nɔvia ƒe lã alo nu bubu aɖe, eye nuvevi wɔ lã la alo wòku la, ne nutɔ menɔ afi ma ɣe ma ɣi o la, ekema ele be ame si ɣee la naxe fe ɖe eta. Ke ne nutɔ le teƒea la, womaxe fe aɖeke nɛ o. Nenye be ɖe wòɣe lã la be yeanɔ fe xem ɖe eta la, ekema mele be wòaxe fe bubu aɖeke na nutɔ o, elabena wobu lã la ƒe ku kple nuvevi si ate ŋu awɔe la ŋu hafi ƒo asi la. “Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnuvi aɖe si ŋugbe womedo na ŋutsu aɖeke o gbɔ la, ele be ŋutsu la natsɔ tabianuwo na edzilawo, eye wòaɖe nyɔnuvi la. Ke ne nyɔnuvi la fofo gbe gbidigbidi be ye vi maɖe ŋutsu la o hã la, ele be ŋutsu la nana tabianuawo kokoko. “Ele be woawu nyɔnu si nye nukala la. “Ele be woawu ŋutsu si dɔ lã aɖe gbɔ la kokoko. “Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo. “Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. “Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o. Ne mieba wo le mɔ aɖe nu, eye wodo ɣli bia nye kpekpeɖeŋu la, makpe ɖe wo ŋu godoo. Ekema mado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye mana futɔwo ƒe aʋakɔwo nawu mi ale be mia srɔ̃wo nazu ahosiwo, eye mia viwo nazu tsyɔ̃eviwo. “Ne nɔviwò Hebritɔ aɖe le xaxa me, eye nèdo ga nɛ la, mele be nàxɔ deme le esi abe ale si nàxɔ le ame bubu si ene o. Ne èxɔ eƒe avɔ abe awɔbanu ene la, ele be nàgbugbɔe nɛ le fiẽ me, elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye. “Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o. “Ele be nàtsɔ wò agblemenukuwo kple wò wain ƒe ewolia nam. “Nàƒle wò viŋutsuvi ŋgɔgbetɔ ta. Mègahe nu siawo wɔwɔ ɖe megbe o. “Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe. “Esi miele kɔkɔe, eye mienye nye dukɔ tɔxɛ ta la, migaɖu lã aɖeke si lã wɔadã aɖe wu o. Migblẽ lã sia ƒe kukua ɖi na avuwo woaɖu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/23-a60c7884a423cd718802e16e4d6351b8.mp3?version_id=1613,"“Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o. “Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o, eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o. “Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ. Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu. “Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o. “Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o. “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti. “Mègate amedzrowo ɖe to o, wò ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku wò nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi. “Miƒã nu, eye miaŋe nu ƒe ade, ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu. “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa. “Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.” “Mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui etɔ̃e li wòle be miaɖu ƒe sia ƒe. “Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me. “Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam. “Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu. “Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume. “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. “Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o. “Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ wò dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na wò la dzi. Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu. Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo, elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò. “Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo. “Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome. Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na wò. “Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ. Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò. Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye lã wɔadãwo ava sɔ gbɔ akpa. Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi. “Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò. “Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o. Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/24-18808bba5594ebd11d5885e2fbac7f0e.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm. Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.” Mose ɖe gbeƒã se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa de asi nɛ la na dukɔ la. Ameawo katã ɖo eŋu kple gbe ɖeka be, “Míawɔ seawo katã dzi.” Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la. Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa. Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.” Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.” Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la. Wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Teƒe si wòtsi tsitre ɖo la dze abe safirkpe keklẽ siwo me kɔ abe dziŋgɔli me la ene. Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.” Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la. Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.” Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me. Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene. Mose bu ɖe lilikpo si tsyɔ to la tame la me, eye wònɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/25-0253d18331c7dc8cbaa03ce25f5a8b2a.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam. “Sika, klosalo, akɔbli, avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo, agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati, ami na akaɖiwo, amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ, onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu, elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome. “Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò. “Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ- ade. Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo. Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ. Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa. Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me. Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade. Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo. Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi. Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me. Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò. “Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto. Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to. Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu. Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ. Tsɔ akasiati wɔ kplɔ̃kɔtiawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu. Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi, eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi. “Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka. “Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi. Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu. Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi. Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka. Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ. Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la. Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. “Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/26-cb5d9970b78594abd1ce0720cd6a5266.mp3?version_id=1613,"“Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. Avɔ ɖe sia ɖe nadidi mita wuieve, eye wòakeke mita eve. Woatɔ avɔ atɔ̃, didime ɖe didime nu woazu avɔ ɖeka na agbadɔ la ƒe axa ɖeka. Woawɔ nenema ke kple avɔ atɔ̃ bubuawo hã. Tɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, na be gbãtɔ ƒe kawo nasɔ ɖe evelia tɔwo nu. Tɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe avɔ la ƒe go eve me, eye ka siwo le avɔwo me la nasɔ ɖe wo nɔewo dzi le go eveawo me. Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka. “Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la. Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve. Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka. Ŋlɔ gbɔ̃fuvɔ adelia ɖe akpa eve le agbadɔ la ŋgɔ. Tɔ avɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe to na agbadɔ la ƒe axa ɖeka, eye nàgawɔe nenema ke ɖe axa evelia to le akpa kemɛ. Tu gavi blaatɔ̃ kple akɔbliga, eye nàtsɔ wo de ka kpuiwo me ate avɔawo akpe be avɔ keke eveawo nazu avɔ keke gã ɖeka. Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe. Agbadɔwɔvɔ la nadidi mita eve le axa eveawo dzi, akpa mamlɛa naxe agbadɔ la ƒe axawo dzi be woaxe teƒeawo. Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi. “Tsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade. Ɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. Woatsɔ klosalo awɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nanɔ ati ɖe sia ɖe te. Sɔti blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe anyiehe gome hã. Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te. Sɔti ade nanɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe, eye sɔti eve nanɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. Ale sɔti enyi nanɔ agbadɔ la ƒe akpa ma lɔƒo: klosalofɔti wuiade nanɔ wo te. Ale klosalofɔti eve nanɔ ʋuƒo ɖe sia ɖe te. “Dze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nanɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi; gameti atɔ̃ hã na sɔti siwo le agbadɔ la ƒe akpa evelia kple gameti atɔ̃ na ʋuƒo siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo le agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ɖaa. Na daɖedzi titinatɔwo nade nu wo nɔewo me aƒo xlã agbadɔ blibo la. Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti. Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme si mefia wò le to la dzi la nu pɛpɛpɛ. “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme. Tsi xɔmetsovɔ sia ɖe sɔti ene siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, ɖe sikagatagbadzɛ ene ŋu. Na sɔti ɖe sia ɖe nanɔ afɔti ene siwo wowɔ kple klosalo la dzi. Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ. “Azɔ la, tsɔ amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye Aɖaka la ƒe sikanutunu la da ɖe Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la. Tsɔ kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔ la godo le agbadɔ la ƒe anyiehe gome, eye akaɖiti la nadze ŋgɔe le dziehe gome. “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la. Tsi xɔmemɔnuvɔ sia ɖe akasiati la ƒe sɔti atɔ̃ siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, eye nàtsɔ akɔbli awɔ zɔ atɔ̃ ɖe wo te.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/27-5ab74f9c12fae8073b6eb6bc67f0a1c4.mp3?version_id=1613,"“Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃. Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu. Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.” “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu. Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene- vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu. Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo. “Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã. “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/28-96b78ea2ab2d98705d52766e26f87a3d.mp3?version_id=1613,"“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene. Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu. Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. “Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe. “Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae. Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta. Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe. Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu. Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo. Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene. Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo. “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi. Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve. Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me; tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me. Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me. Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene. Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi. Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu. Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome. Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu. Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.” Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. “Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te, eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o. Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome. Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome. Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o. “Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene. Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu. Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake. “Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me. “Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu. Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm. Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu. Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/29-600500173308bdc9bffc257e97b3375d.mp3?version_id=1613,"“Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o, eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo. Tsɔ wo de kusi aɖe me, eye nàtsɔ kusi la, nyi la kple agbo aveawo vɛ. Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ, eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ. Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ. Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo. Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe. “Emegbe la, he nyitsu la va agbadɔ la ŋgɔ, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu. Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene. “Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi, eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi. Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ. “Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi. Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa. “Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.) Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me. Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene. Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene. Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò. “Tsɔ agbo si wowu hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ la ƒe akɔta kple atawo na Aron kple via ŋutsuwo. Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene. “Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime. Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa. “Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe. Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye. Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe. “Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre. Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ. Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.” “Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe, ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me. Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu. Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa. “Esiae nye numevɔsa si miawo kple miaƒe dzidzimeviwo miawɔ gbe sia gbe na Yehowa le agbadɔ la ƒe mɔnu. Mado go wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò. Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu. Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu. Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu, eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/30-796bbf90da6419f5a40b2c2c7b6c564d.mp3?version_id=1613,"“Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo. Na eƒe didime kple kekeme siaa nanɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃, eye wòakɔ sentimita blaasiekɛ. Tsɔ akasiati ke kpa lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ŋu woanye nu ɖeka. Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã. Wɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, ɖe eƒe axa eveawo, be woatsɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo aƒo ɖe wo me. Woawɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo kple akasiati, eye woafa sika ɖe wo ŋu. Tsɔ vɔsamlekpui la da ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ, wòate ɖe amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la kasa, afi si mado go wò le. “Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme. Fiẽ sia fiẽ la, Aron agado dzudzɔ kple lifi le Yehowa ŋkume, ne esi akaɖiawo. Nu sia ayi edzi tso dzidzime yi dzidzime. Mègawɔ dzudzɔdovɔsa, numevɔsa, nuɖuvɔsa alo nunovɔsa bubu aɖeke si ŋu nyemeɖe mɔ le o. “Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o. Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa. Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa. Hotsuitɔwo maxe fe sia wòawu home si meyɔ o, eye ame dahewo hã mana nu wòanɔ sue wu o, elabena vɔsae wònye na Yehowa hena miaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. “Wɔ ga sia ŋu dɔ hena agbadɔ la dzadzraɖo. Eyae aɖo ŋku Israelviwo dzi na Yehowa, eye wòanye avulénu ɖe mia ta.” Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme. Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia, ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku. Esiawoe nye ɖoɖowo na Aron kple via ŋutsuwo tso dzidzime yi dzidzime.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃, ‘akasea’ kilogram ade kple ami lita ene le kɔkɔeƒe la ƒe dzidzenu nu. Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.” Yehowa gblɔ be, “Si ami sia na agbadɔ la, nubablaɖaka la, kplɔ̃ la kple eŋunuwo, akaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la, numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo kple asiklɔgagbɛ la kple eƒe afɔ. Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu. “Tsɔe si ami na Aron kple via ŋutsuwo, eye nàkɔ wo ŋu hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ nam abe nunɔlawo ene. Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ami sia anye ami kɔkɔe si miasi na amewo ɣe sia ɣi. Womakɔe ɖe ame dzodzro aɖeke dzi o, eye ame aɖeke mawɔ etɔgbi na eɖokui o, elabena ami kɔkɔe wònye, eye ele be ame sia ame nabui ami kɔkɔe. Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ atike ʋeʋĩwo, lifi lãhe, onitsa, galbanum kple lifi nyuitɔ kpekpeme ma ke na ɖe sia ɖe, eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔdonu abe ale si dzudzɔdonuwɔlawo wɔnɛ ɣe sia ɣi ene pɛpɛpɛ. De dze sue aɖe eme, eye wòanye dzudzɔdonu kɔkɔe si dza. Tu eƒe ɖe memie eye nàtsɔ eƒe ɖe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go wò le, le agbadɔ la me. Dzudzɔdonu sia le kɔkɔe. Migawɔ etɔgbi na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe o, elabena enye nu kɔkɔe na Yehowa ɖeɖe ko. Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/31-53139b80ded2889ac75e643f6e53ed33.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ. Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli. Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã: “agbadɔ la, Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi, kple nu siwo katã le agbadɔ la me, vɔsamlekpui la kple eŋunuwo, sikakaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la, numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ, Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo, ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene, Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo. “Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.” Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’ “Ele be miadzudzɔ le Dzudzɔgbe la dzi, elabena enye ŋkeke kɔkɔe na mi. Ele be woawu ame sia ame si ada le se sia dzi la, eye woaɖe ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la ƒe agbe ɖa le etɔwo dome. Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui. Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi. Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.” Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/32-8b77356da69aee9ffeadf5df9b3c0914.mp3?version_id=1613,"Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.” Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.” Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron. Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!” Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!” Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe. Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me, eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ” Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo. Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.” Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu? Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o. Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ” Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo. Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi. Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!” Ke Mose ɖo eŋu be, “Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o, ke boŋ hadzidzie.” Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te. Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono. Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?” Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye. Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’ Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!” Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la, etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ. Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ” Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe. Mose gblɔ na Levitɔwo be, “Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo hã. Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi.” Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.” Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo. Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me. Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/33-6caa961a5220e137d63967ebeafd3218.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ ame siwo nèkplɔ tso Egipte la, yi anyigba si ŋugbe medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, elabena megblɔ be, ‘Matsɔ anyigba sia ana miaƒe dzidzimeviwo.’ Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi. Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.” Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi. Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.” Ale le nu sia megbe la, Israelviwo megado sikanu aɖeke le Horeb. Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma. Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wonɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòaɖo agbadɔ la nu. Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose. Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu. Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me. Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim. Ne esia le eme alea pɛpɛpɛ la, ekema meɖe kuku, fia wò mɔwom ale be mase wò ɖoɖowo gɔme, eye mawɔ nu si adze ŋuwò. Ɖo ŋku edzi be yeƒe dukɔe nye dukɔ sia.” Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.” Mose xɔ edzi be, “Ne mèle yiyi ge kpli mí o la, ekema mègana míaɖe afɔ ɖeka tso afi sia o. Ne mèyi kpli mí o la, ame kae akpɔ be wò amenuveve li kplim kple nye amewo? Ame kae akpɔ be míeto vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe si le anyigba dzi la gbɔ?” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.” Mose bia Mawu be wòana yeakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Yehowa ɖo eŋu be, “Mana nye ŋutikɔkɔe nato wò ŋkume ayi. Maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa kple eƒe gɔmesese le ŋgɔwò. Mevea ame si nu medi be mave la nu, eye mekpɔa nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na. Ke màkpɔ nye ŋkume ya o, elabena ame aɖeke makpɔ nye ŋkume, eye wòaganɔ agbe o. Tsi tsitre ɖe agakpe sia dzi le gbɔnye. Ne nye ŋutikɔkɔe tso eme va yina la, matsɔ wò ade agakpe la tome. Matsɔ nye asi atsyɔ dziwò va se ɖe esime matso eme. Ekema maɖe nye asi ɖa, eye nàkpɔ yonyeme. Màkpɔ nye ŋkume ya o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/34-740f196d3b66b6e499e7c3de7bb2d09d.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi. Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi. Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.” Ale Mose tsɔ kpe kpakpɛ eveawo abe gbãtɔwo ene, eye wòlia Sinai to la ŋdi kanya, abe ale si Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ ene. Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ. Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o; ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.” Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.” Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.” Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi. Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba. Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi, elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko. “Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo. Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me. “Mele be miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo o. “Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte. “Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye. Àte ŋu atsɔ alẽvi aɖɔli tedzi ƒe ŋgɔgbevi. Ne mèdi be yeaɖɔlii o la, ekema ele be nàŋe kɔe. Ke ele be miaƒle miaƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã ta. Ame aɖeke megava nye ŋkume asi gbɔlo o. “Le nuƒãɣi kple nuŋeɣi gɔ̃ hã la, miawɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrea gbe. “Ɖo ŋku edzi miaɖu Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe la miaɖu Avaɖoɖo ƒe Ŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu. Le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be Israel ŋutsuwo kple ŋutsuviwo katã nado ɖe Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ŋkume. Futɔ aɖeke madze miaƒe anyigba dzi, aɖu mia dzi ne mieyi toa dzi be miado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le azã etɔ̃ mawo dzi ƒe sia ƒe o, elabena manya dukɔawo ɖa le mia ŋgɔ, eye makeke miaƒe liƒowo ɖe enu. “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Ŋlɔ se siwo mede na wò egbe la da ɖi, elabena woawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe nye nubabla si mewɔ kple wò kple Israel la ŋu.” Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi. Esi Mose ɖi tso Sinai toa dzi gbɔna kple kpe kpakpɛawo la, menya be yeƒe mo nɔ keklẽm le yeƒe Mawu gbɔ nɔnɔ ta o. Le keklẽ si nɔ mo nɛ ta la, Aron kple Israelviwo vɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. Ke Mose yɔ wo. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo te ɖe eŋu, eye woƒo nu kplii. Le esia megbe la, Israelviwo katã va egbɔ, eye wòtsɔ se siwo Yehowa tsɔ nɛ le Sinai toa dzi la na wo. Esime Mose wu eƒe nuƒoa nu la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ ŋkume. Ne eyina agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Yehowa la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa va se ɖe esime wòado go. Ekema agblɔ se siwo katã Mawu de nɛ la na Israelviwo, eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/35-83f41fce982d1a0856e8420a947ed764.mp3?version_id=1613,"Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ. “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku. Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.” Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be, Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli, avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu, agbo kple nyigbalẽ siwo ƒe agbalẽ wode ama dzĩ, akasiati, akaɖimemi, atike ʋeʋĩwo hena ami sisi kple dzudzɔdodo, onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la. “Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ: “agbadɔ la, etamegbanuwo, eŋu ganuviwo kple ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo kple woƒe afɔwo, nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la, kplɔ̃ la, ekɔtiwo kple eŋunuwo katã, Ŋkumeɖobolo la, Akaɖiti la kple akaɖigbɛawo wo ŋunuwo kple ami, dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ, Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la, agbadɔ la ƒe tsyoti kple woƒe kawo, nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.” Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ. Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo. Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa. Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ. Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu. Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ. Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe. Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ. Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ. Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me, eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ. Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae. Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo. Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/36-bfc5991554f9ec95ee2120506bbf31b0.mp3?version_id=1613,"Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.” Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme. Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi. Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!” Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ, elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la. Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae. Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu. Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu. Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve. Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu. Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi. Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te. Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te. Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo. Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi. Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/37-3790af986c6531bf8e8352a6f90f9596.mp3?version_id=1613,"Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu, eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ. Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Etsɔ sika tu kerubi eve, eye wòtsɔ wo da ɖe sikanutunu la ƒe nu eveawo. Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi. Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo. Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo. Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu. Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ. Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti. Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, nutɔgbawo, detsikugbawo kple go siwo me woaku aha ɖo hena nunovɔsasa. Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka. Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã. Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu. Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me. Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka. Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ si ƒe kpekpeme nye kilogram blaetɔ̃-vɔ-adre la wɔ akaɖiti la kple eŋunuwoe. Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka. Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ. Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu. Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/38-41534073f399febe3d8640ab114929a0.mp3?version_id=1613,"Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃. Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu. Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo. Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ. Wotsɔ akasiati wɔ ekɔtiawo hãe, eye wofa akɔbli ɖe wo ŋu. Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme. Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe. Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi, ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu. Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu. Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve. Avɔ la keke mita ade, desimita ade kple afã le agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe akpa ɖeka. Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu. Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo. Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene. Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me. Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te. Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu. Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka. Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo. Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã, eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi, kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/39-dff4f5f2d425b5445ed0e22ff29a4fac.mp3?version_id=1613,"Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã. Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ. Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae. Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu. Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene. Edidi sentimita blaeve- vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi. Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me. Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me. Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me. Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi. Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu. Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu. Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose. Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae. Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o. Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe. Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa. Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba. Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ: xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo; agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo; nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la; kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la; sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami; Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la; Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ; Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo; woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo; nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me. Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EXO/40-631eea18d49b5b37c8a0a025a4ca2a7a.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo. “Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme. Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu. “Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ. Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie. Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe. “Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo. Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene. Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo, eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.” Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me. Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la. Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu. Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu. Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo, eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo. Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu, eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu. Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me. Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia. Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Azɔ la, Mose tɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe dɔ la nu mlɔeba. Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme. Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu. Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome. Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ. Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/1-1fd1fc6b3912ea461b261f2dcfd00f91.mp3?version_id=1613,"Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo: na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese, hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ, be woawɔ nu si dzɔ, nu si le eteƒe kple nu si nyo, be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo, nunyalawo neɖo to, ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu, be woase nunyalawo ƒe lododowo abebubuwo kple adzowo gɔme. Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe. Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃ eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o. Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò. Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o. Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe, ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene, eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee eya ta de mía dzi ale be míana gakotoku ɖeka wò” la, vinye, mègakplɔ wo ɖo o, mègaka afɔ woƒe toƒewo o elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu. Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo le wo katã ƒe ŋkume! Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu! Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa. Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo. Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm le dua ƒe agbowo me be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ? Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, bometsilawo alé fu sidzedze? Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la, anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi eye mena mienya nye susuwo. Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi, esi meke nye abɔwo me, mietsɔ ɖeke le eme o eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo, hegbe nye mokaname ta la, nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi, ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene, gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene, eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi! “Ekema woayɔm gake nyematɔ o, woadim gake womakpɔm o. Le esi wolé fu sidzedze eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o, le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo hedo vlo nye mokaname ta. Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo. Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/2-f341161a5d9ff36e1ea706fa74835413.mp3?version_id=1613,"Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò, ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese, ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese, ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la, ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me. Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta. Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme, elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ. Tamebubu nyui akpɔ tawò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò. Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi, tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me, ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi, ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na, eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu, ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi. Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ. Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o. Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi. Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/3-b97091b86c30fc61ee2a8f9a952ae090.mp3?version_id=1613,"Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me, elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò. Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi. Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui le Mawu kple amewo ŋkume. Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o; ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe. Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃. Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilã kple nunyiame vɛ na wò ƒuwo. De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ekema wò avawo ayɔ agbagba, eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba. Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o eye mègagbe eƒe mokaname o elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene. Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si gɔmesese su elabena nunya xɔ asi wu klosalo eye viɖe geɖe le eme wu sika. Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba eye nu siwo katã dim nèle la, ɖeke mesɔ kplii o. Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me, eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me. Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi le eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã. Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo. Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe. Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe eye lilikpowo dzaa zãmu. Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi, mègana woadzo le ŋkuwòme o. Woanye agbe na wò kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ. Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me eye wò afɔ maɖiɖi o. Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o, ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi. Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi alo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o elabena Yehowa anye wò dzideƒo eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o. Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ, ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o. Mègagblɔ na wò aƒelika be, “Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o. Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika, ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o. Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro esi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o. Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o, elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔla gake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe. Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi. Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu. Nunyalawo nyia bubu ƒe dome, ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/4-5e1db3fb1e762359b90dd15ff2ff259c.mp3?version_id=1613,"Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese. Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam eya ta migagbe nye nufiafia o. Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me kple vi ɖekɛ na danye la, efia num hegblɔ be, “Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe. Dze nunya, di gɔmesese, mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o. Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, lɔ̃e ekema akpɔ tawò. Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese. De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi, xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò. Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.” Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu. Mele nunya ƒe mɔ fiam wò eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo. Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o. Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò. Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o. Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o, lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi. Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain. Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie. Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene eye womenya nu si na wole nu klim o. Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu. Mègana woadzo le wò ŋkume o, ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me, elabena wonye agbe na ame siwo ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la. Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eyae nye agbe ƒe vudo. Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ. Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò. Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ. Mègadze ɖe ɖusime alo miame o, eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/5-ca7da27d9c497b78a22d0f12e0a441b3.mp3?version_id=1613,"Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu, be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm, eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami gake le nuwuwu la evena wu veve eye wòɖana wu yi nuevee. Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o, eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom, migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o. Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ, migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o, ne menye nenema o la, miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu. Ne menye nenema o la, amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me. Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem, ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme. Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ! Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo! Nyemaɖo to nye nufialawo alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o. Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ le ameha la katã dome.” No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me. Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea? Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o. Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu. Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la, eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi, eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa. Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu? Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃? Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ. Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe. Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/6-f106cbbdb66603af779df8e93593a88c.mp3?version_id=1613,"Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika, eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ, ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la, ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe, esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta. Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò, ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe! Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o. Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene. Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya! Gbeɖela loo dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o, gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi. Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me? Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie, tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene. Yakame kple ame baɖa si le yiyim kple alakpadada, le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii, ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me, eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o. Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui: dadaŋkuwo, alakpaɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo, afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi, kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome. Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o. Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti. Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la, woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ, esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me. Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o, elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò. Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia? Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi eye eƒe afɔwo nagbe fiafia? Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃, womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o. Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, ne dɔ la ewum o gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi. Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome. Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o. Maxɔ avulénu aɖeke o, eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/7-8f7bf1e64a6482407a6962f5fc6a348f.mp3?version_id=1613,"Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò. Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene. Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi. Gblɔ na nunya be, “Nɔvinye nyɔnu nènye.” Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese, woana nyɔnu ahasitɔ la nanɔ adzɔge na wò, eye woaɖe wò le srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe amenublenyawo ƒe asi me. Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me. Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome. Ele zɔzɔm le kpɔdome, ɖo ta dzogoe si me nyɔnu la le la me; ezɔ ɖo ta afi si nyɔnu la ƒe aƒe le, le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm, eye zã do blukɔ. Tete nyɔnu aɖe do go va kpee, edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ. Eƒe gbe le dzi dem, metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me, ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be, “Ŋutifafavɔsa le aƒenye me, egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o, eya ta medo be mava do go wò, medi wò eye meke ɖe ŋuwò! Meɖo aklala biɖibiɖi ƒe abadzivɔ si wode amadede vovovowoe, esi wowɔ le Egipte la ɖe nye aba dzi. Mewu lifi, anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi, eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi, na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu! Nye aƒetɔ mele aƒe o, ezɔ mɔ didi aɖe. Etsɔ eƒe gakotoku si ga yɔ fũu la dzoe eye ne dzinu sɔ tegblẽ hafi wòagbɔ.” Etsɔ amenublenya siawo blee eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae. Etso zia enumake hekplɔe ɖo abe nyitsu wokplɔ yina wuwu ge alo abe zi si ɖo afɔ mɔ me ene. Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu. Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo, alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o. Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ, eye ame siwo wòwu la de ha. Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/8-3a4bfc044d4ffc12a2a8c67d2ab6ccf1.mp3?version_id=1613,"Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa? Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa? Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame, afi si afɔmɔwo do go le. Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be, “O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã. Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si. Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ; meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe. Nye nu gblɔa nu si le eteƒe, elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi. Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe; ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o. Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le; fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o. Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe elabena nunya xɔ asi wu adzagba eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o. “Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka; gɔmesese kple sidzedze le asinye. Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃, eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi, agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ. Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso, gɔmesese kple ŋusẽ le asinye. Dzinyee fiawo tona ɖua fia eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe. Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du eye nenema kee nye bubume siwo le dzi ɖum le anyigba dzi. Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam. Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye, nenema kee nye kesinɔnu siwo megblẽna o kple dzidzedze. Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ, eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa. Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo, eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi, henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana. “Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene, hafi wòava wɔ nuwo le blema. Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke, tso gɔmedzedzea me, hafi xexea me nava dzɔ. Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o, eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o. Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la, nye la, wodzim xoxo. Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo. Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame. Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo, eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe, esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo. Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi, dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi. Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam. “Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom; woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi. Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya, mègado tokue o. Woayra ame si ɖoa tom, nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe eye wòlalana le nye kpui nu elabena ame si ke ɖe ŋutinye la, ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la, wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/9-cd3ca4eb8c49a7e23a6fc8b6fc57e203.mp3?version_id=1613,"Nunya tu eƒe xɔ eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te. Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be, “Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be, “Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ. Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me. “Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu. Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya. Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu, fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti. “Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo. Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.” Nyɔnu bometsila la le ɣli dom, womekplae o eye menya nu hã o. Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu, enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake le ame siwo va le eme tsom la yɔm, ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be, “Mí ame siwo katã nye bebewuwo la, mige ɖe eme le afii!” Egblɔna na ame siwo menya nu o la be, “Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!” Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/10-1b03e78c44650ce8db98201144567e2e.mp3?version_id=1613,"Solomo ƒe lododowo: Ɖevi si nya nu la nana fofoa kpɔa dzidzɔ, ke ɖevi si tsi bome la hea nuxaxa vɛ na dadaa. Kesinɔnu si wokpɔ to mɔ fitifitiwo dzi la menye viɖe aɖeke o, gake dzɔdzɔnyenye ɖea ame tso ku me. Yehowa menaa dɔ wua ame dzɔdzɔewo o, ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe didiwo me. Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ. Ame si ƒoa nukuwo nu ƒu le dzomeŋɔli la nye vi nyanu, ke ame si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi ŋukpenuwɔlae. Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me. Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã. Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃. Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi. Ame si tea ŋku ɖe ame kple dziku la hea nuxaxa vɛ, eye bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃. Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo, ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu me. Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi. Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi, ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo. Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ. Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye du si ŋu wotɔ glikpɔ sesẽ ɖo, ke hiãtɔwo ƒe ahedada nye woƒe gbegblẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe dɔwɔfetu hea agbe vɛ nɛ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe viɖe hea tohehe vɛ nɛ. Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae. Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae. Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae. Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe le abe klosalo nyuitɔ ene, ke viɖe mele ame vɔ̃ɖi ƒe dzi ŋu o. Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi hea nunyiame vɛ na ame geɖewo, gake bometsilawo kuna le simadzemadze ta. Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o. Bometsila kpɔa dzidzɔ le nu tovo wɔwɔ ŋu, ke ame si sea nu gɔme la, nunyae nye eƒe dzidzɔ. Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui, ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae. Ne ahomya ƒo va yi la, ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa. Abe ale si aha tsitsi nɔna na aɖu eye dzudzɔ nɔna na ŋku ene la, nenema kuviatɔ le na ame siwo dɔ dɔe. Yehowavɔvɔ̃ nana agbe didina. Ke ame vɔ̃ɖi ƒe agbenɔƒewo le kpuie. Ame dzɔdzɔe ƒe viɖee nye dzidzɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua dzodzro. Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo. Womaho ame dzɔdzɔe la akpɔ gbeɖe o gake ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o. Nunya dona tso dzɔdzɔetɔ la ƒe nu me, gake woalã alakpaɖe la ɖa. Ame dzɔdzɔe ƒe nuyiwo nya nya dzeto gbɔgblɔ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe nu gblɔa nya tovowo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/11-966084cc429b8bf00b1a566e2cbc71cb.mp3?version_id=1613,"Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ. Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu, ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ. Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo. Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me. Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi. Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo, ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo. Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na, nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso eƒe ŋusẽ me la zua tofloko. Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ. Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee, ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me. Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli. To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi, ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi. Ame manyanu doa vlo ehavi, ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe. Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya. Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o, ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi. Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu, ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie. Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu, ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi. Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui, gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii. Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi, ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe. Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe, ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me. Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa, ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu. Maka ɖe esia dzi na mi be, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o, ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo. Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la, nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o. Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me. Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana. Nu adze dzi na ame si na nu faa, ame si na amewo ƒe dzi dze eme la, woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme. Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi. Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim. Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene. Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la, ya anye eƒe domenyinu eye bometsila anye subɔla na nunyala. Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae. Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/12-f18d41813efa62aece96517edabcadee.mp3?version_id=1613,"Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze, ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae. Yehowa vea ame nyui la nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya. Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o. Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua, ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a. Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka, ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo. Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o, ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa. Wokafua ame le nunya si le esi la ta, ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo. Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò, wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o. Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ. Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom, ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe. Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me. Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ. Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo. Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu. Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu, ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu. Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ. Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa, ke alakpaɖe nu mesena yina o. Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me, ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me. Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o, ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu. Yehowa lé fu alakpanuyiwo, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu. Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o, ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi. Asi si doa vevi nu la aɖu fia, ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me. Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi, ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame. Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae. Kuviatɔ memea eƒe adelã o, ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo. Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me, makumaku le mɔ ma dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/13-3b0027feb35a779d141b7a1c76fe38ef.mp3?version_id=1613,"Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe, ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o. Ame ƒe nu ƒe kutsetsee wòtsɔna ɖua nu nyuiwoe, ke nuteƒemawɔlawo ƒe dzi tsi dzi ɖe nu vlo wɔwɔ ŋuti. Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti, ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃. Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ. Ame dzɔdzɔe léa fu alakpanya, ke ame vɔ̃ɖiwo ya hea ŋukpe kple vlododo vɛ. Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi. Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o, ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi. Ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu aƒle eƒe agbe ta gake ame dahe mesea ŋɔdzidoname aɖeke o. Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie, ke wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi. Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ, ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ. Ga si wokpɔ to mɔ fitifiti dzi la nu va yina, ke ame si dia ga vivivi la wɔnɛ be wòdzina ɖe edzi. Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ, ke didi si va eme la nye agbeti. Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu, ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo. Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo, eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me. Gɔmesese nyui hea amenuveve vanɛ, ke nuteƒemawɔlawo ƒe mɔ dzi sesẽna. Nunyala ɖe sia ɖe wɔa nu kple gɔmesese, ke bometsila ɖea eƒe bometsitsi fiana. Dɔtsɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me, ke dɔtsɔla si wɔa nuteƒe la hea dɔyɔyɔ vanɛ. Ame si do toku amehehe la, ahedada kple ŋukpe vaa edzi, ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti. Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ, ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo. Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya, ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la gena ɖe fuwɔame me. Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu. Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo. Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe, ke amebaba kplɔnɛ dzonae. Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via, ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie. Ame dzɔdzɔe ɖua nu ɖia ƒo, ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/14-4483b0272e660825435e8c723ae09c5f.mp3?version_id=1613,"Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ, ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi. Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa, ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe. Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe, ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta. Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo, ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me. Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o, ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ. Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o, ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe. Te ɖa le bometsila gbɔ elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o. Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu, ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa. Bometsilawo le alɔme ɖem le nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋuti, ke ŋudzedzekpɔkpɔ le dzɔdzɔetɔwo dome. Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o. Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe, ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa. Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee. Le nukoko gɔ̃ hã me la, dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me. Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu. Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena, ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti. Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa, ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe. Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo eye wòléa fu ayedzela. Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo. Ame vɔ̃ɖiwo adze klo ɖe ame nyuiwo ŋkume eye nenema ke nu tovo wɔlawo awɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe agbonu. Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo, ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si. Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃, ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ. Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo. Kutrikuku ɖe dɔwɔna ŋu hea viɖe vɛ, ke nukpoloeƒoƒo ɖeɖe hea ame yia ahedada mee. Nunyalawo ƒe kesinɔnue nye woƒe fiakuku, gake bometsilawo ƒe bometsinuwɔwɔ hea bometsitsi vanɛ. Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe, ke aʋatsoɖasefo nye ameblela. Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo. Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me. Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe, ke ne amewo mele du aɖe me o la, gbegblẽ vaa dumegã dzi. Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana. Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna. Ame si tea ame dahewo ɖe anyi la doa vlo wo Wɔla, ke ame si nyoa dɔ me na hiãtɔ la dea bubu Mawu ŋuti. Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe. Ame si si sidzedze su la, nunya tsoa aƒe ɖe eƒe dzi me, eye le bometsilawo dome gɔ̃ hã la, enana wodzea si ame si ƒomevi wònye. Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi, ke nu vɔ̃ nye ŋukpe na dukɔmeviwo. Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu, ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/15-cff5b0168f8d1024590cd9058de6998b.mp3?version_id=1613,"Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana. Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ. Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu. Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae. Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo. Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze, ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ. Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku. Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume, kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi! Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o. Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu. Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃ gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii. Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le. Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo. Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu. Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata. Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke bometsila doa vlo dadaa. Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu, ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna. Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze. Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o? Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o. Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi, ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo, ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ. Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe. Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa. Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa. Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me. Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la, ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome. Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi. Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/16-d82ebb33185ffc58d68937a7e43400b2.mp3?version_id=1613,"Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ. Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ. Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me, ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò. Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta, eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la. Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa. Maka ɖe edzi na wò be, womagbe tohehe na wo o. Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me. Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la, enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me. Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo. Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe. Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o. Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ eye nenema ke nudakpe siwo katã le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ. Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. Nuyi siwo dzi alakpa mele o la, doa dzidzɔ na fiawo, wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu. Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui. Ne fia ɖo mo kɔkɔe la, egɔmee nye agbe eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene. Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o! Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti. Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze. Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo. Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi. Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo, eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ. Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti, ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo. Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ. Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo. Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee. Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ, dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi. Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene. Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome. Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi. Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo. Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ. Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du. Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/17-d807003b7967ccb87bc3fcbbb18fee0a.mp3?version_id=1613,"Abolo ƒuƒlu sue ɖuɖu si ŋu ŋutifafa kple dziɖeɖi kpe ɖo la nyo wu aƒe si me yɔ fũu kple agbeɖuɖu eye dzre kpe ɖe eŋu. Dɔla nyanu aɖu aƒetɔ ɖe viŋutsu ŋukpenanuwɔla dzi eye ama domenyinu la kpli wo abe wo nɔviŋutsu wònye ene. Sonu li na klosalo eye dzokpo li na sika, ke Yehowae doa dziwo katã kpɔ. Ame vɔ̃ɖi ɖoa to nuyi vɔ̃ɖiwo eye aʋatsotɔ ƒua to anyi ɖe aɖe si gblẽa ame ŋu la ŋu. Ame si ɖea alɔme le ame dahe ŋuti la doa vlo woƒe Wɔla eye ame si kpɔa dzidzɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, womagbe tohehe nɛ o. Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo. Nuyi siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la medzena bometsila kaka alakpanuyiwo nahayi dziɖula dze ge o! Zãnu nye kpe xɔasi na ame si nae, afi sia afi si wòayi la, edzea dzi nɛ. Ame si tsɔ nu tsyɔ vodada dzi la doa lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ eye ame si gawɔ nu si wòwɔ va yi la maa xɔlɔ̃ veviwo dome. Mokaname dea ta me na ame si si sidzedze le wu nu si ƒoƒo alafa ɖeka nye na bometsila. Ame vɔ̃ɖi la ɖoe kplikpaa be yeadze aglã eya ta woadɔ dumegã sẽŋuta ɖe eŋu. Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me. Ne ŋutsu tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe la, vɔ̃ madzo ɖa le eƒe aƒe me kpɔ gbeɖe o. Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene; eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre. Afiatsotso na agɔdzela, kple fɔbubu agɔmadzela siaa nye nu si Yehowa tsri. Ŋudɔwɔnu ka ga nye le bometsila ƒe asi me, esi didi aɖeke mele eme ɖe nunyadidi ŋuti o? Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi, ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe. Ame manyanu ƒua asi akɔ eye wòdoa ŋugbe tsɔa eɖokui daa megbee na ehavi si nyi fe. Ame si lɔ̃ dzrewɔwɔ la lɔ̃a nu vɔ̃ eye ame si de agbo kɔkɔ eƒe aƒe nu la le gbegblẽ dim. Ame si si dzi dovo le la nu medzea edzi nɛ o eye ame si si alakpaɖe le la gena ɖe fukpekpe me. Viŋutsu si tsi bome la hea veve vɛ, eye fofo si, si vi tsibome le la makpɔ dzidzɔ o. Dzi si kpɔa dzidzɔ la nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si wote ɖe to la nana ƒu tome ƒuna kplakplakpla. Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme be wòatrɔ nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi. Ame si si sidzedze le la ƒe ŋku nɔa nunya ŋu, ke bometsila ƒe ŋkuwo tsana, dona ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke. Viŋutsu tsibome hea nuxaxa vɛ na fofoa kple veve vɛ na ame si dzii. Menyo be woahe to na fɔmaɖila alo aƒo dɔnunɔla ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta o. Ame si si sidzedze su la nya vlowo medona le enu o eye ame si si gɔmesese le la ɖɔa ŋu ɖo, medoa dziku dzodzro o. Wobua bometsila gɔ̃ hã nunyalae nenye be ezi ɖoɖoe, eye wobunɛ sidzelae ne ekpɔ eƒe aɖe dzi nyuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/18-c0465abfa24c555211b5c2f0ccfc65d5.mp3?version_id=1613,"Ɖokuitɔdila dia eɖokui ko tɔ eye meɖoa to nunyanya siwo gblɔm wole la o. Bometsila medoa vivi ɖe gɔmesese ŋu o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le eya ŋutɔ ƒe susuɖegblɔ ŋu. Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome. Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo, ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim. Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi alo atrɔ ame maɖifɔ ƒe nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi o. Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii. Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la, metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ. Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke. Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ ŋuti la nye nugblẽla nɔvi. Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie. Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye woƒe du sesẽ eye wobuna be wonye gli kɔkɔ si ame aɖeke mate ŋu aflɔ o. Hafi ame aɖe nadze anyi la, dada nɔa eƒe dzi me, ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu. Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame, be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole. Ame ƒe gbɔgbɔ lénɛ ɖe te le dɔléle me, ke ame ka ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ si gbã gudugudu? Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese eye nunyala ƒe to dia gɔmesese. Nunana ʋua mɔ na nunala eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee. Ame gbãtɔ si to eƒe nya la dzena dzɔdzɔetɔe va se ɖe esime ame aɖe va bia gbee. Nudzidze tsia dzre nu eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm. Nɔviŋutsu si dzi wodze agɔ le la sẽ wu du si ŋu woɖo gli sesẽ ɖo eye dzrewɔwɔ le abe fiasã si ƒe agbowo ŋu wode gameti sesẽwoe ene. Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme. Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si, eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse. Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ, ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe. Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me, gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/19-5acd5e6ed1abe78a8ae57db3e5274510.mp3?version_id=1613,"Anyo be nànye ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, wu bometsila si ƒe nuyiwo gblɔa nya tovo. Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o. Ame ŋutɔ ƒe bometsitsie gblẽa eƒe agbe dome, evɔ eƒe dzi bina ɖe Yehowa ŋu. Kesinɔnunɔamesi dzea xɔlɔ̃ geɖe na ame, gake ame dahe ƒe xɔlɔ̃wo kakana le eŋu. Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la, madzo le ablɔɖe me o. Ame geɖewo wɔa nu be woadze fia ŋu, eye ame si naa nu ame faa la, ame sia ame dzea xɔ̃e. Ame dahe ƒe ƒometɔwo katã ɖea kɔ ɖa le eŋu, aleke exɔlɔ̃wo magbee geɖe wu o! Togbɔ be etia wo yome nɔa kuku ɖem na wo hã la, womedea nu eme nɛ o. Ame si, si nunya su la lɔ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la, nu dzea edzi nɛ. Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la atsrɔ̃. Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila ʋuu keke wòahanye be kluvi ɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o. Ame ƒe nunya nana wògbɔa dzi ɖi eye ŋutikɔkɔe wònye nɛ ne eŋe aɖaba ƒu dzidada dzi. Fia ƒe dziku le abe dzata ƒe gbetete ene, ke eƒe amenuveve le abe zãmu le gbedzi ene. Viŋutsu tsibome nye fofoa ƒe gbegblẽ eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si le ɖuɖum ɖaa ene. Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ, ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya, Yehowa gbɔe wòtsona. Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi eye dɔ wua ƒomewɔla. Ame si wɔna ɖe sedede dzi la dzɔa eƒe agbe ŋu, ke ame si metsɔ ɖeke le eƒe mɔwo ŋu o la aku. Ame si nyo dɔ me na hiãtɔ la, do nugbana na Yehowa, aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ. He to na viwò ŋutsuvi elabena eya mee mɔkpɔkpɔ le; ke mègakpe ɖe ame siwo le eƒe ku dim la ŋuti o. Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake. Ɖo to aɖaŋuɖoɖo, nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya. Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me, gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme. Nu si ame dina lae nye lɔlɔ̃ si meʋãna o; enyo be nànye ame dahe wu alakpatɔ. Yehowavɔvɔ̃ kplɔa ame yia agbe gbɔe. Ekema ànɔ anyi aɖe dzi ɖi eye kuxi aɖeke maƒo go wò o. Ne kuviatɔ de asi nuɖugba me la, maɖee ɖa atsɔ yi nu gbɔe teti gɔ̃ hã o! Ƒo fewuɖula kple ati, ekema gegemewo adze nunya; ka mo na ame si si sidzedze le, ekema gɔmesese asu esi. Ame si daa adzo fofoa, nyaa dada doa goe lae nye viŋutsu si hea ŋukpe kple vlododo vɛ. Vinye, ne èdzudzɔ amehenyawo sese la, ekema àtra tso gɔmesese ƒe nyawo gbɔ. Aʋatsoɖasefo ɖua fewu le afia nyui tsotso ŋu eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu miaa nu vɔ̃ɖi. Woɖo tohehe ɖi na fewuɖulawo eye woɖo ƒoƒo ɖi na bometsilawo ƒe dzime." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/20-6cd47d09f6ddfc06427f0019772b693c.mp3?version_id=1613,"Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla, ame si wokplɔ trae la menya nu o. Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe. Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba. Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe. Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye tɔ goglo, gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ. Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla? Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o; yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã. Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la, eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo. Ame ka ate ŋu agblɔ bena, “Mewɔ nye dzi dzadzɛe, ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?” Yehowa lé fu nudakpe vovovo eve kple nudzidzenu vovovo eve siaa. Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me, ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe. Yehowa wɔ to si sea nu kple ŋku si kpɔa nu la siaa. Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la, àva zu hiãtɔ, nɔ ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ. Nuƒlela gblɔna be, “Menyo o, menyo o,” emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi. Sika li, adzagba hã li fũu gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye. Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla. Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu, gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ. Wɔ ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me, ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame. Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola. Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la, woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me. Domenyinu si wokpɔ to mɔ kpui dzi le gɔmedzedzea me la, yayra manɔ edzi le nuwuwua o. Mègagblɔ be, “Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o! Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò. Yehowa lé fu nudakpe ƒomevi vovovowo eye nudanu amebatɔ hã menyoa Yehowa ŋu o. Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame, ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme? Mɔ wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti. Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam. Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ. Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nana fia nɔa dedinɔnɔ me eye to lɔlɔ̃ me eƒe fiazikpui lia ke. Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃. Kɔ kple abixɔxɔ ɖea vɔ̃ ɖa eye ƒoƒo klɔa ame ƒe ememe ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/21-39c84704df749f626dd3860ab857bb37.mp3?version_id=1613,"Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene. Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu gake Yehowae daa dziwo kpɔ. Nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa. Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃. Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ. Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o. Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe. Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie, mekpɔa nublanui na ehavi o. Ne wohe to na fewuɖula la, bometsilawo dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi. Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi. Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o. Nunana si wona le adzame la faa dziku nu eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la léa avu dziku helĩhelĩ. Afia nyui tsotso hea dzidzɔ vɛ na ame dzɔdzɔe, ke ehea ŋɔdzi vɛ na vɔ̃ wɔlawo. Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me. Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o. Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu. Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola. Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi. Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu. Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi. Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me. Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.” Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ, elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o. Ele nu dzrom ŋkeke blibo la, ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o. Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu, kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi. Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi. Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi, ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu. Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu, gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/22-6011184f1b61fa5e0d8abbd1107cd2d6.mp3?version_id=1613,"Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika. Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu: Yehowae nye wo katã Wɔla. Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu. Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ. Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ. He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o. Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ. Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e, eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti. Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo. Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go, nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu. Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la, eyae fia la adze xɔ̃e. Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu, ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo. Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!” Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme. Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu, ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ. Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me. Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti, elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me, eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi. Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam. Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò, aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa? Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o, elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo. Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o, ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo eye nàtsɔ ɖokuiwò ade mɔ me. Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nu alo dea megbe na ame si do nugbana la o; eye ne mèkpɔ ga axe fea o la, woaɖe aba si dzi nèmlɔna la gɔ̃ hã le tewò. Mègaɖe blemaliƒokpe si fofowòwo ɖi la ɖa o. Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma? Asubɔ le fiawo ŋgɔ eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/23-e3846a7b77d2ed09de10830611c50f81.mp3?version_id=1613,"Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la, lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi ne ènye nutsuɖula. Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o elabena nuɖuɖu ma nye beble. Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò. Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la, wo nu va yi xoxo elabena woato aʋala godoo eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene. Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o, eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o, elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum. Egblɔ na wò be, “Ɖu nu, nàno nu” gake megblɔe tso eƒe dzi me o. Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee. Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o, elabena ado vlo wò nunyanyawo. Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu. Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu. Mègagbe tohehe na ɖevi o, ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o. Tsɔ ameƒoti he to nɛ eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me. Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ eye nye ememe ke atso aseye ne wò nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe. Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu. Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o. Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi. Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo alo lã geɖe ɖulawo o. Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la, ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me. Ɖo to fofowò, ame si dzi wò eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o. Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese. Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu. Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye! Vinye, tsɔ wò dzi nam eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu elabena gbolo la, ʋe globoe wònye eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la, vudo xaxɛ wònye. Ede xa ɖi abe adzodala ene eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi. Ame kae le hũu ɖem? Ame kae le veve sem? Ame kae le nu xam? Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm? Ame kae xɔ abi yakatsyɔ? Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene? Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe. Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe, ne ele fu tsɔm le kplu me, ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o! Le nuwuwu la, eɖua ame abe da ene eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum. Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi alo ame si mlɔ abala dzi ene. Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/24-3865d6d475705b8ba17056e79167dcaa.mp3?version_id=1613,"Mègabiã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o, mègadi woƒe hamenɔnɔ o elabena woƒe dzi ɖoa nu tovo eye woƒe nuyiwo ƒoa nu tso nu gbegblẽ wɔwɔ ŋuti. Nunya wotsɔna tua xɔe eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie, to sidzedze me wotsɔa nu nyui tɔxɛ siwo mebɔ o kple kesinɔnu nyuiwo yɔa woƒe xɔwo mee. Ŋusẽ gã aɖe le nunyala si eye ame si si gɔmesese le la dzia eƒe ŋusẽ ɖe edzi. Èhiã nufiame hafi adze aʋa eye hafi dziɖuɖu nava la, èhiã aɖaŋuɖola geɖewo. Nunya kɔ boo na bometsila akpa; le amehawo dome, le agbo nu la, nya aɖeke mele esi wòagblɔ o. Ame si ɖo vɔ̃ be yeawɔ lae woyɔna be ame vɔ̃ɖi. Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula. Ne èʋuʋu le xaxaɣi la, aleke wò ŋusẽ mehele sue o? Ɖe ame siwo wokplɔ yina wuwu ge eye xɔ na ame siwo le yiyim sɔgɔsɔgɔ yina ɖe ku me. Ne ègblɔ be, “Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la, ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa? Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta? Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa? Vinye, no anyitsi elabena enyo; anyitsi tso anyito me avivi le wò nu me. Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu; ne èke ɖe eŋu la, mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o. Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o, mègava ha enɔƒe o elabena togbɔ be ame dzɔdzɔe adze anyi zi adre hã la, agafɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ya la, dzɔgbevɔ̃e ahe wo aƒu anyi. Mègakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ne wò futɔ dze anyi o, eye ne ekli nu la, dzi megadzɔ wò o, elabena Yehowa akpɔe, eye madze eŋu o, eye wòaɖe eƒe dziku ɖa le edzi. Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta alo aʋã ŋu ŋutasẽla o, elabena mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame vɔ̃ɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋuti o eye woatsi ŋutasẽlawo ƒe akaɖi. Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la eye mègade aglãdzelawo dzi o elabena ame eve mawo ana gbegblẽ naƒo ɖe wo dzi kpoyi eye ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si woate ŋu ahe vɛ? Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔwo: Akpa ɖeka dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o. Ame si agblɔ na fɔɖila be, “Mèdze agɔ o” la, amewo ado ɖiŋu nɛ eye dukɔwo anyɔ ŋui. Ke eme anyo na ame siwo abu fɔ agɔdzela eye yayra gãwo ava wo ameawo dzi. Nyaŋuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu le abe nugbugbɔ ene. Wu wò gotadɔwo nu eye nàdzra wò agble me ɖo, ema megbe la, tu wò xɔ. Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o. Mègagblɔ be, “Mele ewɔ ge nɛ abe ale si wòwɔe ɖe ŋutinye ene, mele eteƒe ɖo ge na ŋutsu sia ɖe nu si wòwɔ la ta” o. Meto kuviatɔ kple ame manyanu ƒe waingble ŋu yi; ŋu vu tsyɔ afi sia afi, gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu. Metsɔ nye dzi ɖo nu si mekpɔ la ŋu eye mesrɔ̃ nu tso nu si mekpɔ la me. Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie, tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene, eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/25-e94affad830edb978a136a9c1f4b7883.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Solomo ƒe lododo bubu siwo Yuda fia Hezekia ƒe dɔdzikpɔlawo ŋlɔ da ɖi. Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya; eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me. Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la, nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o. Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu, ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu. Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me. Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o. Enyo be wòagblɔ na wò be, “Va dzime le afii” wu be wòaɖiɖi wò le bubumewo ŋkume. Nu si nèkpɔ kple wò ŋkuwo la, mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua ne hawòvi la do ŋukpe wò? Ne èle nya hem kple hawòvi la, mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o, ne menye nenema o la, ame si see la ado ŋukpe wò eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o. Nya si wogblɔ dedie la, le abe “sikaplu” le klosalogba me ene. Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene. Dɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe la abe ale si sno fanae le nuŋeɣi ene; enana eƒe aƒetɔwo ƒe gbɔgbɔ gbɔna ɖe eme. Ŋutsu si ƒoa adegbe le nunana siwo mena o ŋu la le abe lilikpododo kple ya si medzaa tsi o la ene. Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu. Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko, ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe. Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o, ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri wò. Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo, yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene. Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo alo afɔ tutu ene. Ame si dzi ha na dzi kpekpe tɔ la le abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe alo “vinigae” wokɔ ɖe “soɖa” dzi ene. Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na nui wòaɖu, ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi, eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò. Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee. Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ aƒe ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla. Abe ale si tsi fafɛ faa akɔ na luʋɔ gbɔdzɔe ene la, nenema kee nya nyui tso duta hã nɔna. Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la le abe tsitsetse si me blu alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene. Menyo be woano anyitsi fũu alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o. Ame si meɖua eɖokui dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le la ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/26-4aee995de083f580a65c8cd42ddf8e99.mp3?version_id=1613,"Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la, nenemae bubu medze bometsila o. Abe ale si atsutsrɔe dzonae alo sagbadrɛ saa agbae ene la, nenemae ɖiŋu si wodo na ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee. Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe! Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o, ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene. Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu, ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ. Dudede asi na bometsila le abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene. Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee. Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la, nenemae bubudede bometsila ŋu le. Abe ale si ŋuti nɔna le ahamula ƒe asimee ene la, nenemae lododo nɔna le bometsila ƒe nu mee. Ame si daa aŋutrɔ bometsila dzodzro la le abe ame si dɔa dɔ ame si le eme tsom la ene. Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la, nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi. Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea. Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le mɔa dzi, dzata si le gbe tem ŋɔdzitɔe la le tsatsam le ablɔwo me!” Abe ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee ene la, nenemae kuviatɔ nɔa tɔtrɔm le eƒe aba dzii. Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me gake kuvia ɖoe ale gbegbe be, edede nu me zu dɔ nɛ. Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe. Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene. Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la, nenemae nye ame si ble ehavi eye emegbe wògblɔ nɛ be, “Fefem ko mele!” Ne nake meli o la, dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena. Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la, nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe. Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; eyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke. Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la, nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le. Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue, gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me. Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me. Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe, gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome. Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi. Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/27-7a7160f9b8f165de615bec5337f01287.mp3?version_id=1613,"Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o. Na ame bubu nakafu wò, ke menye wò ŋutɔ wò nu o, ame bubu newɔe, menye wò ŋutɔ wò nuyiwo o. Kpe nye nu kpekpe eye ke nye agba kpekpe gake bometsila ƒe dzikudoname kpena wu wo ame evea. Dziku la ŋutasẽlae eye dɔmedzoe la agbodzelae, ke ame ka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu? Mokaname le ame dome nyo wu lɔlɔ̃ si woɣla. Àte ŋu aka ɖe xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu dzi gake ketɔ ƒe nugbugbɔ dzina ɖe edzi. Ƒoɖila doa vlo anyitsi, ke hena dɔwuitɔ la, nu veve gɔ̃ hã vivina nɛ. Ame si tra tso eƒe aƒe me la le abe xevi si bu eƒe atɔmemɔ ene. Ami ʋeʋĩ kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ doa dzidzɔ na dzi, xɔlɔ̃ ƒe nunyoamenu tsoa eƒe aɖaŋuɖoɖo vavãwo me. Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o, eye mègayi nɔviwò ƒe aƒe me ne dzɔgbevɔ̃e ƒo go wò o, anyo na wò be nàyi hawòvi si tsɔ ɖe gbɔwò la gbɔ wu nɔviwò si le adzɔge. Vinye, dze nunya eye nàhe dzidzɔ vɛ na nye dzi; ekema mate ŋu aɖo nya ŋu na ame si ado vlom. Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila le yiyim eye wòkpe fu ɖe eta. Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe de awɔba me, ne eda megbe na nyɔnu ahasitɔ. Ne ŋutsu aɖe le eƒe aƒelika yram kple ɣli le ŋdi kanya la, woatsɔe abe ɖiŋudodo ene. Srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si le ɖuɖum madzudzɔmadzudzɔe le tsidzagbe ene. Asiɖoɖo edzi le abe asiɖoɖo ya dzi ene alo asitsɔtsɔ ku ami ene. Abe ale si ga nyrea ga ene la, nenema kee ame nyrea amee. Ame si lé be na eƒe gboti nyuie la aɖu eƒe tsetsea eye woade bubu ame si kpɔ eƒe aƒetɔ dzi la ŋu. Abe ale si ame ƒe mo dzena le tsi dzii ene la, nenema ame ƒe dzi ɖea eƒe nɔnɔme fianae. Ku kple tsiẽƒe meɖia ƒo gbeɖe o nenema kee nye ame ƒe ŋku. Sonu li na klosalo, eye dzokpo li na sika, gake wodoa ame kpɔ to kafukafu si wotsɔ nɛ la dzi. Togbɔ be èto bometsila le to me, ètoe kple tati abe bli ene hã la, màte ŋu aɖe eƒe bometsitsi ɖa le eŋu o. Ka ɖe edzi be wò alẽhawo ƒe nɔnɔme le nyanya na wò eye wò ŋku le wò lãhawo ŋu ɖaa; elabena kesinɔnuwo menɔa anyi ɖikaa o eye fiakuku hã menɔa anyi hena dzidzimewo katã o. Ne woƒo gbe eye gbe mumu mie ɖe eteƒe, ne wolã gbe siwo le togbɛwo dzi ƒo ƒui la, ekema alẽviawo ana avɔ wò eye gbɔ̃wo anye ga si nàtsɔ aƒle agblee. Gbɔ̃notsi anɔ asiwò fũu be wò kple wò aƒemetɔwo miano eye wòanye nunyiame na wò dɔlanyɔnuwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/28-d9772f6731d3376eb006575b2d385aaa.mp3?version_id=1613,"Ame vɔ̃ɖi la léa du tsɔna, evɔ ame aɖeke menyae ɖe du nu o, ke dzi le ame dzɔdzɔe ƒo abe dzata ene. Dziɖulawo sɔ gbɔ ɖe dukɔ si me aglãdzedze le, ke ŋutsu si si gɔmesese kple sidzedze le la hea ɖoɖodziwɔwɔ vɛ. Dziɖula si tea hiãtɔwo ɖe anyi la le abe tsidzadza si ɖe anyigba eye megblẽ nuɖuɖu aɖeke ɖi o la ene. Ame siwo gbe nu le sea gbɔ la kafua ame vɔ̃ɖiwo ke sedziwɔlawo tsia tsitre ɖe wo ŋu. Ame vɔ̃ɖiwo mesea afiatsotso nyui gɔme o gake ame siwo dia Yehowa ya sea egɔme nyuie. Enyo be nànye hiãtɔ si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, wu nànye kesinɔtɔ si ƒe mɔwo to vo. Ame si léa sea me ɖe asi la nye vi nyanu gake ame si dea ha kple nutsuɖulawo la doa ŋukpe fofoa. Ame si dzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi to demegaxɔxɔ me la, le kɔ lim nuwo na ame bubu si anyo dɔ me na ame dahewo. Ne ame aɖe doa toku sea la, eƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã zua ŋunyɔnu. Ame si kplɔ nu dzɔdzɔe wɔla to mɔ vɔ̃ dzi la, age ɖe eya ŋutɔ ƒe mɔ me. Ke ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la, axɔ domenyinu nyui. Kesinɔtɔ nye nunyala le eya ŋutɔ gbɔ gake hiãtɔ si si sidzedze le la kpɔa egɔme. Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la, dzidzɔkpɔkpɔ teƒe mekɔna o, ke ne ame vɔ̃ɖi zu fia la, amewo sina bena. Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu vɔ̃ o, ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu vɔ̃wo me eye wògbe nu le wo gbɔ. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa ɣe sia ɣi, ke ame si sẽa eƒe dzi me la gena ɖe xaxa me. Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene. Dziɖula tamesesẽtɔ menyaa nu o, ke ame si lé fu kesinɔnu ƒoɖi la anɔ agbe didi, ase vivi. Hlɔ̃dola si hlɔ̃dodo la zu agba na la anye tsatsala va se ɖe eƒe kugbe; ame aɖeke megakpe ɖe eŋu o. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la anɔ dedie, ke ame si ƒe mɔwo to vo la adze anyi kpata. Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si ƒe susu le nu manyatalenuwo yome la, ahedada axɔ aƒe nɛ. Woayra ŋutsu nuteƒewɔla fũu, ke womagbe tohehe na ame si tsi dzi ɖe kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋuti o. Amedzidede menyo o gake ame ayi aɖawɔ vɔ̃ ɖe abolo kakɛ ta. Ŋutsu nuvela tsi dzi ɖe hotsuikpɔkpɔ ŋu, evɔ mehenya be ahedada le ye lalam o. Ame si ka mo na ŋutsu la, axɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi wu ame si alakpaɖe le nume na. Ame si da adzo fofoa alo dadaa hegblɔ be, “Medze vɔ̃ o” la, nye kpeɖeŋutɔ na nugblẽla. Ŋutsu ŋubiala hea mama vɛ ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, nu adze edzi nɛ. Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae, ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie. Ame si naa nu hiãtɔ la, naneke mahiãe o, ke ame si miaa ŋku ɖe woƒe hiahiãwo dzi la, axɔ fiƒode geɖe. Ne tamesesẽtɔ zu dziɖula la, amewo sina bena, ke ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la, ame dzɔdzɔewo tsina." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/29-60c6313dac980c349e1797a48006ca7c.mp3?version_id=1613,"Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la, atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe. Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, amewo dzɔa dzi; ke ne dziɖuɖu ge ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me la, amewo ŋena. Ame si lɔ̃a nunya la hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke ame si dze xɔ̃ gbolowo la gblẽa eƒe ga dome. To afia nyui tsotso me fia hea dedinɔnɔ vɛ na dukɔ, ke fia si klẽa ŋu ɖe zãnuxɔxɔ ŋu la gbãa du. Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ. Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me, ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye. Ame dzɔdzɔewo tsɔa ɖe le afiatsotso na hiãtɔwo me gake ame vɔ̃ɖiwo ya metsɔa ɖeke le eme o. Fewuɖulawo dea ʋunyaʋunya du me, ke nunyalawo tsia dziku nu. Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila, bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o. Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ. Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana, ke nunyala ɖua eɖokui dzi. Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la, eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo. Nu ɖeka sia le hiãtɔ kple ameteɖetola siaa si, Yehowae wɔ ŋku na wo ame evea. Ne fia drɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔ ɖe dzɔdzɔenyenye dzi la, eƒe fiazikpui anɔ dedie ɣe sia ɣi. Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame, gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa. Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la, nu vɔ̃ hã dea dzi, ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze. Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ. Afi si ɖeɖefia mele o la, amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu; ke woayra ame si léa sea me ɖe asi. Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o, togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o. Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã. Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la, ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua. Ŋutsu dɔmedzoetɔ dea dzre amewo dome eye ame si doa dziku kabakaba la wɔa nu vɔ̃ geɖe. Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe, ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me. Ame si wɔ ɖeka kple fiafitɔ la nye eya ŋutɔ ƒe futɔ; wonana wòkaa atam eye mekpɔ mɔ akɔ nu le edzi o. Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ, ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie. Ame geɖewo dina be yewoado ɖe dziɖula ŋkume, aƒo nu kplii gake Yehowa gbɔ ame ƒe afiatsotso tsona. Nu gbegblẽ wɔla nye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔe eye nu dzɔdzɔe wɔla nye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/30-5409dfda61845b8643dec9e8992b0495.mp3?version_id=1613,"Yake vi Agur ƒe nyagblɔɖi. Ŋutsu sia gblɔ na Itiel, kple Ukal be: “Nyee tsi bome wu le amewo dome; ame ƒe nugɔmesese mele asinye o. Nyemesrɔ̃ nunya alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o. Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae! “Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o; enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso. Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o, ne menye nenema o la, aka mo na wò eye woakpɔe be ènye alakpatɔ. “O Yehowa, nu evee mebia wò; mègatem hafi maku o. Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye, mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o, ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom. Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi. “Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o, ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò eye nàkpe fu ɖe eta. “Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o; ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si woƒo la ɖa le wo ŋuti o; ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie; ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene, ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome. “Vinyɔnu eve le axɔ̃ si, wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’ “Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o: woawoe nye, yɔdo, vidzidɔ si tsi ko, anyigba si tsi meɖia kɔ na o, kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o. “Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui. “Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa, eye nyemese enelia gɔme o: hɔ̃ ƒe mɔ le yame, da ƒe mɔ le agakpe dzi, tɔdziʋu ƒe mɔ le atsiaƒuwo dzi kple ŋutsu ƒe mɔ le ɖetugbi gbɔ. “Esiae nye nyɔnu ahasitɔ ƒe mɔ. Eɖua nu hetutua nuto gblɔna be, ‘Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’ “Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe, eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o: woawoe nye, dɔla si va zu fia, bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu, ne nyɔnu si ame aɖeke melɔ̃ eƒe nya o, la ɖe srɔ̃ kple ne dɔlanyɔnu xɔ ɖe eƒe aƒenɔ teƒe. “Nu ene le anyigba dzi le sue, gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o: anyidiwo nye nuwɔwɔ si ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake woƒoa woƒe nuɖuɖu nu ƒu le dzomeŋɔli; kpetomefiwo nye lã siwo ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo tome; Fia mele ʋetsuviwo si o, gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me; woate ŋu alé adoglo kple asi, gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le. “Nu etɔ̃e zɔa agozɔli eye nu enee zɔna abe fia ene: dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o; koklotsu, gbɔ̃tsu, kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe. “Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la, tsɔ wò asi tsyɔ wò nu! Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la, nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/PRO/31-daf243b3f4e92ffd80c808bcdd2ebd70.mp3?version_id=1613,"Fia Lemuel ƒe nyawo, nyagblɔɖi si dadaa fiae lae nye esi: “Oo vinye, O nye dɔmevi, O nye adzɔgbeɖevi, Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o. “O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o, menye fiawo tɔ be woano wain o eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o. Ne menye nenema o la, woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la be eye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si. Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m kple wain na ane siwo le nuxaxa me, na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada be eye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o. “Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aƒo nu ɖe wo ɖokui nu o la nu eye nàʋli amemanɔsitɔwo ƒe ablɔɖe ta. Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.” Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu? Exɔ asi wu adzagba. Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o. Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la, ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o. Edia ɖetifu kple avemeka eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa. Ele abe asiʋu ene eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee. Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o, edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo. Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ, eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee. Ewɔa dɔ kple ŋkubiã eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu. Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o. Ɖetifutreti le eƒe asi me eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee. Eʋua asi na ame dahewo eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ. Ne snodzaɣi ɖo la, mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ. Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe aba eye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ. Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome. Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzrana eye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo. Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna. Eƒoa nu kple nunya eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi. Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie eye meɖua kuviabolo o. Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ, nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be, “ ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu, gake wò la, èƒo wo katã ta.’ Nyonyo la, beblee, eye tugbedzedze nu hã va yina kaba; gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa. Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ le dua ƒe agbowo nu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NAM/1-c556f654089ca5b079312921b0f06737.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me. Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala. Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe. Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo. Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o, ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o. Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me, eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi. Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe. Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume. Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me! Eléa be na ame si xɔa edzi sena. Ke atsrɔ̃ Ninive kple tɔɖɔɖɔ, eye wòanya eƒe futɔwo aɖo ɖe viviti me. Nugbe ɖe sia ɖe si woɖo ɖe Yehowa ŋu la, mana wòadze edzi o, ke boŋ gbegblẽ mava na wo zi evelia o. Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene. O Ninive, mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖo aɖaŋu vlo na amewo la do tso. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Togbɔ be wosɔ gbɔ, eye kpeɖeŋutɔwo le wo si hã la, wo katã woatsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. O Yuda, togbɔ be mede abi ŋuwò hã la, nyemagade abi ŋuwò azɔ o. Azɔ la, maŋe kɔkuti le wò kɔ, eye matu ka wò tso bablawo me.” Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be: “Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o. Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo, eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me. Maɖe yɔdo na mi, elabena mieganyo na naneke o.” Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NAM/2-9e0b877d4b522d081a298fb1c2a9414e.mp3?version_id=1613,"Ninive, futɔwo ƒe asrafowo ƒo ɖe dziwò vɔ. Kpɔ wò mɔ sẽsewo ta. Wò ŋkuwo nenɔ mɔ la ŋu. Mibla ali dzi sesĩe eye miƒo aʋawɔlawo nu ƒu. Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ abe Israel tɔ ene. Togbɔ be futɔwo gblẽ wò, Yakob ƒe anyigba, eye woha wò waingblewo hã. Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe, eye wodo awu dzĩ. Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe wobla akpa na aʋawɔwɔ, eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame. Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi, eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm. Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene, eye wole dzo kem abe dzikedzo ene. Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo; woanɔ du dzi anɔ anyi dzem, anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo, ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o. Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa, eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi. Woɖe gbe be woaɖe aboyo dua me tɔwo. Eƒe kosiviwo anɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene, eye woanɔ akɔta ƒom. Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o. Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o. Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi. Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe? Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu; etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Metso ɖe ŋuwò; matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò dzataviwo atsi yi nu. Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o, eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/NAM/3-2881481401be04cda10114eb5f696ad9.mp3?version_id=1613,"Baba na du si yɔ fũu kple ʋukɔkɔɖi, alakpadada kple nuhaha, eye wògbe asiɖeɖe le nu siwo wòha la ŋu. Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom, eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo, kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwo le du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi! Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me! Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ, eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi. Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem, le fɔfɔm; gale anyi dzem. Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta. Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu, eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewo kple eƒe adzewɔwɔ. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò, azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na wò, mana dukɔwo nakpɔ wò amame, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpe. Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò, ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo. Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?” Wòe nyo wu Tebes, si le Nil tɔsisi to, eye tɔ la ƒo xlãe godoa? Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la. Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwo nye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me, gake Tebes dze anyi, woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi. Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã. Wò hã àmu aha, asi abe, eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta. Wò mɔ sesẽwo katã anɔ abe gboti si dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene. Ne woʋuʋu atia la, kutsetsewo gena ɖe eɖula ƒe nu me. Kpɔ wò asrafowo ɖa, wo katã wole abe nyɔnuwo ene. Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa na wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo. Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu. Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo. Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe. Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò; yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wò abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene. Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene, misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene. Èdzi wò asitsalawo ɖe edzi va se ɖe esime wosɔ gbɔ wu ɣletiviwo, gake ʋetsuviwo aɖu wo, aɖi gbɔlo anyigba la, eye woadzo adzo. Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔ abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la, woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene. O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm; wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm. Woakaka wò amewo ɖe towo dzi, eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o. Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o, elabena edzi ŋɔ ŋutɔ. Ame sia ame si ase wò anyidzedze la, aƒo asikpe ɖe tawò, elabena ame kae mekpɔ gome le wò ŋutasesẽ gbogboawo me o?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TI/1-e5fceb5a12bf2e4c115c59d83b55d42f.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Ɖela ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la gbɔe agbalẽ sia tso, Na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me: Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ gbɔ la nanɔ anyi kpli wò. Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso, eye nàɖo asi ŋutsu siwo le nu dada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o, tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o, elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe. Nu si metsi dzi na vevie lae nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo kple dzitsinya nyui me, eye woasẽ ŋu le xɔse me. Nufiala siawo da ƒu le nu siawo nyanya me, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa nya hem, eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm. Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefialagãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofiaa mí la ŋu hafi o. Míenyae be se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋu dɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene. Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple wo dadawo na hlɔ̃dolawo na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kple nu sia nu si tsi tsitre ɖe nufiafia vavãtɔ si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la ŋuti. Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la be wòtia nye hã abe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƒewɔla nɛ, togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o. O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efia ale si wòle be maxɔ edzi ase lam, be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu. Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe, axɔe ase keŋ be Kristo Yesu va xexea me nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le. Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be wòatsɔ afia ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ame sia ame, ale be woawo hã naxɔe se be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, eye wònye Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen. Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be míawɔ to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi la ene. Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe, eye ɣe sia ɣi la, wò dzitsinya nanɔ dzadzɛe, eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya, eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la, wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o. Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TI/2-f5361eaf014bcf3496f85407d5bddbe6.mp3?version_id=1613,"Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta, ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me. Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu. Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be: Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo. Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na ame siwo menye Yudatɔwo o; afia Mawu ƒe ɖoɖo amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me. Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me. Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o, ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo. Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ siaa me. Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe. Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva. Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va. Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nakpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TI/3-6559c9e62d8d66d5441f252980d29e79.mp3?version_id=1613,"Enye nyateƒenya be ne ame aɖe di be yeawɔ hamedzikpɔla ƒe dɔ la, etia dɔ nyuitɔ. Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia menye ahatsunola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o, ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o. Ele vevie be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie, eye vi ɖotowo le esi. (Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƒe aƒe sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame dzi?) Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me, eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Abosam dzi la te. Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ, ale be mage adze vlododo kple Abosam ƒe mɔ me o. Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye ahatsunolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o. Ele na wo be woalé xɔse la ƒe nyateƒe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui. Ele be woado wo kpɔ gbã, eye ne naneke meku ɖe o ŋu o la, woaɖe mɔ woawɔ subɔla ƒe dɔ. Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me. Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo, eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƒe aƒewo me. Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la ƒe fetu anye be amewo naɖo bubu na wo, eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Yesu Kristo me hã atsi ɖe edzi. Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi, ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la, miate ŋu anya ale si miazɔ le Mawu ƒe aƒe si nye Mawu gbagbe la ƒe ha, si lé Mawu ƒe nyateƒe la me ɖe asi sesĩe la me. Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TI/4-86473fdaaae238db1bb6832ca80626b6.mp3?version_id=1613,"Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le woƒe dzixɔse yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo. Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa, eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o. Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na xɔsetɔ siwo li ke, eye wonya nyateƒe la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woada akpe ɖe wo ta hafi. Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta, eye miebia tso Mawu si be wòayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe. Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene. Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me. Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã. Esia nye nyateƒe, eye wòdze be woaxɔe ase blibo, eye le esia ta míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se. Fia nu siawo, eye nàkpɔ egbɔ be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie. Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo. Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la, eye nàɖe eme na wo; gblɔ Mawu ƒe nya la ɣe sia ɣi. Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie. Wɔ nunana siawo ŋu dɔ nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi kple ŋgɔgbeyiyi adze sii. Lé ŋku ɖe nu siwo katã nèsusuna kple nu siwo katã nèwɔna la ŋuti nyuie. Lé nu si nyo, eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi, eye Mawu ayra wò, eye wòawɔ ŋuwòdɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TI/5-9431eb4328ae5d14578ec1ede092e044.mp3?version_id=1613,"Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu. Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii. Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ. Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii, ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa amenya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim, eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o. Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo, ale be kristotɔwo nanya, eye woawɔ nu si dze la. Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi. Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o, negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ, eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me. Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me. Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃. Ale woadze na tohehe, elabena woda le woƒe ŋugbedodo ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi. Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me. Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o. Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo. Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii. Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋu dɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko. Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo. Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame. Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ. Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba. Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo, hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ wɔm, eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, àte ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go. Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1TI/6-f8c11282793eef566e1c6b62ba91a485.mp3?version_id=1613,"Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o. Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi. Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe. Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti. Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ. Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã, elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o. Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu. Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me. Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo. Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome. Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe. Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o. Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo. Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo. To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi. O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o. Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me. Womexɔ se o. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/1-953a8179c7955de39e93bf4b9cff8da7.mp3?version_id=1613,"Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi. Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me. Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene. Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu Fofowò”? Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa, eye eya hã anye Vinye”? Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.” Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene, eye eƒe subɔlawo abe dzo ƒe aɖewo ene.” Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe, eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti. Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu, wò Mawu la tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami la si na wò.” Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexea me ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ. Woatsrɔ̃, gake wò la, ànɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene. Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene, eye àɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò ya la, ànɔ nenema, màtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.” Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”? Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/2-37b4e12d656cad193e2f4ee5c928893e.mp3?version_id=1613,"Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie, ne menye nenema o la, miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe, eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la, aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu. Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o. Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “Nu kae nye amegbetɔ be nèbua eŋuti, eye nu kae nye Amegbetɔ Vi be nèléa be nɛ? Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene, eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.” Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe naneke le eme o. Gake fifi laa la, medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o. Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu. Ɖeko wòle eteƒe be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe la gbɔe. Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. Egblɔ be, “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.” Egagblɔ be, “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.” Eye wògagblɔ be, “Nye kple vi siwo Mawu nam la míele afii.” Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam, eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu. Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/3-04bc453cb7a250048335dc38fcac04c8.mp3?version_id=1613,"Eya ta nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, apostolo kple nunɔlagã, ame si me mieʋu la dzi. Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me la ene. Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose. Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla. Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi. Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me, le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o. Afi ma mia fofowo dom kpɔ, eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene. Eya ta medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu, eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣe sia ɣi, eye womenya nye mɔwo o!’ Eya ta le nye dziku me la, meka atam gblɔ be, ‘Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.’ ” Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la naganɔ mia dometɔ aɖeke si o. Ke mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mia dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o. Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko. Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze la me ene o.” Ame kawoe nye ame siwo se nya la, eye wodze aglã? Ɖe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa? Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woƒe ŋutilã kukuwo tsi gbea dzi lae oa? Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa? Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu ge ɖe dzudzɔƒe la me o le woƒe dzimaxɔse ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/4-1ae511b7812fcd1475d1b9f0a7ab8110.mp3?version_id=1613,"Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali na mí ta la, mina míakpɔ nyuie be metsi mía dometɔ aɖeke nu o. Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe ale si wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o, elabena ame siwo see la mexɔe se o. Azɔ mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” Ke hã la, ewu eƒe dɔ la nu tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia gbe la, Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.” Le nya sia ke me la, egagblɔ be “Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” Edze ƒãa be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu ge ɖe eme o le woƒe tosesẽ ta. Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia le ɣeyiɣi geɖe megbe esi wòƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzi me o.” Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o. Ekema dzudzɔ si woyɔna be Dzudzɔgbe dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo. Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene. Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene o. Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo. Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume. Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe. Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o. Eya ta mina míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/5-0c18f9a574219c8b3477dfa5f638bf03.mp3?version_id=1613,"Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume. Nunɔlagã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu. Esia tae wòle be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta. Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Aron ene. Eya ta Kristo hã metsɔ nunɔlagã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbe mezu fofowò.” Egagblɔ le teƒe bubu be, “Enye nunɔla tegbetegbe, eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ.” Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta. Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto, eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe. Eye Mawu ɖoe be wòanye nunɔlagã abe Melkizedek ene. Nya geɖewo li si wòle be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la, esesẽna be míaɖe nya siawo me na mi. Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia gɔmedzenuwo mi tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o! Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o. Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/6-c53fe87a5c98c4ac97fa2f07b7a24b01.mp3?version_id=1613,"Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu, eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia ku me alo míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na xɔse le Mawu me, nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃. Ke ame siwo dze anyi la, aleke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le xexe si gbɔna la me hã kpɔ. Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe. Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ. Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe. Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me. Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o. Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubiã, ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ nade blibo. Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu. Esi Mawu do ŋugbe na Abraham, eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui, hegblɔ be, “Mayra wò godoo, eye mana dzidzimevi geɖewo wò.” Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pɛpɛpɛ. Ne ame aɖe be yeaka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi, eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu. Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi. Mawu wɔ esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dzideƒo gã aɖe. Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋã akpɔ o la ene. Etea ŋu gena ɖe kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo, afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu nunɔlagã abe Melkizedek ene tegbee." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/7-26f28925fecd7a0c7099b9a19a58e444.mp3?version_id=1613,"Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae. Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.” Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ! Azɔ la, se la bia tso Levi ƒe viwo ame siwo nye nunɔlawo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã. Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle. Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe. Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi, elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham ƒe alime; womekpɔ dzii o. Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o. Elabena ne tɔtrɔ va nunɔlaɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me. Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me, eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe nunɔla ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o, elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o. Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne nunɔla bubu abe Melkizedek ene va ɖo, ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti. Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.” Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o (elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe. Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee, ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’ ” Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu. Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o, gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o. Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo. Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui. Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena. Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/8-cd63fe6a85129b8df5de367b98b04fc3.mp3?version_id=1613,"Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: be nunɔlagã vavã le mía si. Azɔ la, ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake, eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui. Esi wònye nunɔlagã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be wòasa vɔ, eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be wòana nane. Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu. Nunɔla siawo subɔna le kɔkɔeƒe la si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.” Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi. Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o. Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be, “Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel kple Yuda ƒe aƒewo. Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe. Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ. Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi, va se ɖe tsitsiawo dzi. Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/9-eda0cd5519bc7d96d8b8d425929ee221.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã. Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o. Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ. Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko. Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o. Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va. Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o. Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la. Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta. Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o. Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti. Tete wògblɔ be, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.” Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o. Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo. Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o. Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me. Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/10-753dd9f56c94dedb70b34504ef1966f9.mp3?version_id=1613,"Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko, eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadree ƒe sia ƒe la mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o. Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o. Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe, elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o. Eya ta esi Kristo va xexea me la, egblɔ be: “Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam; eye numevɔsa kple nu vɔ̃ vɔsawo hã medzea ŋuwò o. Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lãgbalẽ me be, o Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’ ” Gbã la, egblɔ be, “Vɔsawo, numemewo kple numevɔsawo kple nu vɔ̃ vɔsawo la, mèdi wo o, eye womedzea ŋuwò hã o.” Togbɔ be se la bia be woawɔ wo hã. Tete wògblɔ be, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi. Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me. Nunɔla la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe, eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o. Ke esi nunɔla sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime. Tso ɣe ma ɣi la, ele lalam be woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui. Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la, ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbetegbe le Mawu ƒe ŋkume. Gbɔgbɔ Kɔkɔe hã ɖi ɖase tso esia ŋuti; gbã la egblɔ be, “Esia nye nu si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.” Eye afi si wotsɔ nu siawo ke le la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃ ta megahiã o. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esime kakaɖedzi le mía si be miage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la, eʋu mɔ yeye kple mɔ gbagbe na mí to xɔmetsovɔ si nye eƒe ŋutilã la me. Eye esi nunɔlagã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la, mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e. Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla. Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe. Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o, ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo bibi si ava fia Mawu ƒe futɔwo. Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu. Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene, eye wòdzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la? Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.” Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me. Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la, mienɔ te sesĩe to ʋiʋli geɖewo me, mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe. Ɣe aɖewo ɣi la wodzua mi le dutoƒo, eye wotia mia yome, ɣe bubu ɣiwo la, mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti. Miefa konyi kple ame siwo wode gaxɔ me, eye esi woxɔ miaƒe nunɔamesiwo le mia si akpasesẽtɔe la, miexɔe kple dzidzɔ, elabena miawo ŋutɔ mienyae be nunɔamesi siwo nyo sãa wu, eye womenyunyɔna o la le mia si. Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi. Ele be miado vevie, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo la. Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, “Ame si gbɔna la ava ɖo, eye matsi megbe o. Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la, nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.” Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe, eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se, eye míekpɔ ɖeɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/11-c7974b6f143ce2dc2820915b47efb2c8.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, xɔse nye kaka ɖe nu siwo míekpɔ mɔ na la dzi kple dziɖoɖo ɖe nu siwo míekpɔ o la ŋu. To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ. To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me. To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã. To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti. Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie. To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila. To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã. To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii. Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula. To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae. Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ. Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii. Ame siwo gblɔ nya siawo tɔgbi la ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim. Nenye be du si me wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi. Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo. To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya ame si xɔ ŋugbedodoawo la nɔ klalo be yeatsɔ Via ŋutsuvi ɖeka hɔ̃ɔ la asa vɔe, togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la, dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã. Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me. To xɔse me Isak yra Yakob kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me ŋuti. To xɔse me Yakob yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu. To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le Egipte ŋuti, eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo. To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o. To xɔse me esi Mose va tsi la, egbe be womayɔ ye be Farao vinyɔnu ƒe viŋutsu o ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Ebu vlododo le “Kristo” ta nu xɔasi wu kesinɔnu siwo katã nɔ Egipte, elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe. To xɔse me Mose dzo le Egipte, eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu, elabena ekpɔ eya ame si womekpɔna kple ŋku o. To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋuhehlẽ ɖi anyi, ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me. To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre. To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o. Ɖe wògahiã be mayi edzia? Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon, Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple Nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o, ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo, tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi. Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku, eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo, eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o, ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si. Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam, ke wode ga bubuwo, eye wode wo gaxɔ me. Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu, womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi, agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi. Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la, wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o. Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/12-820fd33d1085e166af78d121641edf95.mp3?version_id=1613,"Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa, eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo. Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime. Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o. Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o. Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe, eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na wò o, elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo, eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe Via ŋutsu ene.” Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe! Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te. Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ. Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o. Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o. Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahiãwɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋudomenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o. Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã. Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ. Menye kpẽ ƒe ɖiɖi, gbe si le nu ƒom, ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o; elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee wòaku” la dzi o. Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.” Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me. Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ ɖi si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ. Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo? Le ɣe ma ɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu, menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã.” Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi. Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HEB/13-2915829c7ecbabf81f42953809329b51.mp3?version_id=1613,"Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me. Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene. Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã. Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o, eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.” Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?” Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa. Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o. Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o. Nunɔlagã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãwo ŋutɔ le asaɖa la godo. Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me. Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ, elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va. Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me. Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o, eye miama nu kple mia nɔewo, elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu. Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o. Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛe be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie. Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu, elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi. Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa. Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi. Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/RUT/1-a4d8b385b6ff3725eb3500582fd129a5.mp3?version_id=1613,"Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi. Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma. Elimelek, Naomi srɔ̃ ku, eye wòsusɔ Naomi kple via ŋutsu eveawo. Viŋutsu eve siawo ɖe Moab nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Esi wonɔ afi ma abe ƒe ewo ene la, Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o. Azɔ Naomi ɖoe be yeatrɔ ayi ɖe aƒe le Israelnyigba dzi, elabena ese le Moab be Yehowa gave Israelviwo nu, ale be woƒe agblemenukuwo ganyo. Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe. Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene. Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe. Wogblɔ na Naomi be, “Míakplɔ wò ɖo ayi wò ƒometɔwo gbɔ.” Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea? Vinyenyɔnuwo, mitrɔ yi miaƒe aƒe me. Ne mesusu be mɔkpɔkpɔ gale asinye, eye meɖe srɔ̃ zã sia me, eye medzi viŋutsuwo hã la, ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!” Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.” Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.” Esi Naomi kpɔ be Rut ɖo kplikpaa be yeayi kpli ye la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu, ale woyi mɔzɔzɔa dzi va se ɖe esime woɖo Betlehem. Zi ƒo le du blibo la me. Nyɔnuwo bia be, “Naomi nye esia nyateƒea?” Naomi ɖo eŋu be, “Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ. Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?” Ale Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut, Moab nyɔnu la gbɔ tso Moabnyigba dzi. Wova ɖo Betlehem le nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/RUT/2-fec78d7237cc344e5642d12e74b11797.mp3?version_id=1613,"Naomi srɔ̃, Elimelek nɔviŋutsu aɖe nɔ Betlehem, ame si ŋkɔe nye Boaz, eye wònye kesinɔtɔ gã aɖe. Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.” Ale Rut yi. Nukutɔe la, agble si me wòyi la nye Boaz, ame si nye Naomi srɔ̃, Elimelek ƒe ƒometɔ la tɔ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Boaz tso Betlehem va agble la, eye wòdo gbe na dɔwɔlawo be, “Yehowa nanɔ anyi kpli mi!” Woɖo eŋu be, “Yehowa nayra wò!” Boaz bia eƒe dɔwɔlawo dzi kpɔla be, “Ɖetugbi kae nye ema?” Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae. Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.” Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu. Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.” Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?” Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu. Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.” Rut ɖo eŋu be, “Akpe na wò, nye aƒetɔ. Èkpɔ nublanui nam ŋutɔ, èna nye dzi dze eme ɖe ale si nèƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ta, togbɔ be nyemede wò subɔla aɖeke nu o hã.” Le ŋdɔnuɖuɣi la, Boaz yɔ Rut, eye wògblɔ nɛ be, “Va nàɖu nu kpli mí.” Rut nɔ dɔwɔlawo dome heɖu nu kpli wo ɖi ƒodo nyuie, eye nuɖuɖu si wonae la ƒe ɖe gasusɔ. Esi wògayi nukua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na nuxalawo be woana wòafɔ nukuawo le bablawo me, eye womegaxe mɔ nɛ kura o. Kpe ɖe esia ŋu la, woalũ nuku aɖewo tso nuku babla me ada ɖe eŋgɔ be wòafɔ, eye womegabia nya aɖekee o. Ale Rut fɔ nuku siwo ge ɖe agblea dzi la va se ɖe fiẽ. Emegbe la, enyɔ lu siwo wòfɔ ƒo ƒu la, eye eƒe dzidzeme anɔ lita blaeve-vɔ-eve. Rut tsɔ lu la yi dua me, eye lɔ̃xoa kpɔ esi sinu wòte ŋu fɔ. Kpe ɖe esia ŋu la, Rut he nuɖuɖu si wòɖu la ƒe susɔe ɖe go, eye wòtsɔe nɛ. Lɔ̃xoa biae be, “Afi ka tututue nèfɔ nuku le egbea? Afi ka nèwɔ dɔ le egbea? Woayra ŋutsu si ve nuwò alea!” Ale Rut gblɔ ame si ƒe agble me wòwɔ dɔ le la na lɔ̃xoa. Egblɔ nɛ be, “Ŋutsu si gbɔ mewɔ dɔ le egbe la ƒe ŋkɔe nye Boaz.” Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.” Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.” Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be, “Vinyenyɔnu, anyo na wò be nànɔ eƒe nyɔnuviwo ŋu, elabena ne èyi ame bubu aɖe ƒe agble me la, ɖewohĩ woava wɔ nuvevi wò.” Ale Rut lé eɖokui ɖe Boaz ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu henɔ nukuwo fɔm va se ɖe esime lu kple ƒo ŋeɣi wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/RUT/3-87305a2d7a4957ba0c181ec44d67c65b.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ be, “Vinye, ɣeyiɣi mede be madi ŋutsu aɖe na wò nàɖe, ale be nàganɔ srɔ̃gbe oa? Ŋutsu si le nye susu me lae nye Boaz. Enyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye gawu la, míaƒe ƒometɔ wònye. Menya be ele lu gbɔ ge le zã sia me le eƒe lugbɔƒe, eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi. Lé ŋku ɖe afi si wòamlɔ la ŋu, eye nàyi aɖaklo avɔ ɖa le eƒe afɔ gbɔ, eye nàmlɔ eƒe afɔ nu. Ekema agblɔ nu si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la na wò.” Rut ɖo eŋu be, “Enyo, mesee; mawɔ nu sia nu si nègblɔ la.” Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ. Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu. Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu. Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.” Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi. Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe. Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum. Tsi afi sia dɔ. Ne ŋu ke la, maƒo nu kplii. Ne aɖe wò la, ekema enyo; newɔ eƒe dɔdeasi. Ke ne maɖe wò o la, ekema meta Yehowa be nye ŋutɔ maɖe wò. Mlɔ afi sia va se ɖe esime ŋu nake.” Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.” Boaz gagblɔ nɛ hã be, “Ɖo wò taɖedzi la ɖe anyigba.” Esi Rut wɔ alea la, Boaz ku lu dzidzenu ade kɔ ɖe avɔ la me, eye wòlée nɛ. Ale wòtrɔ yi aƒe me. Esi wòɖo aƒe me la, lɔ̃xoa biae be, “Vinyenyɔnu, aleke nèdee?” Rut gblɔ nu sia nu si Boaz wɔ nɛ la na lɔ̃xoa, eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be, “Eyae tsɔ lu dzidzenu ade sia nam hegblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Menyo be nàtrɔ ayi lɔ̃xowò gbɔ kple asi ƒuƒlu o.’ ” Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/RUT/4-91361982a053cb0837aeecd41b6bfe8f.mp3?version_id=1613,"Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.” Wonɔ anyi, eye Boaz yɔ dua ƒe ame tsitsiwo be woava nɔ anyi abe ɖasefowo ene. Boaz gblɔ na eƒe ƒometɔ la be, “Ènya Naomi, nyɔnu si gbɔ tso Moabnyigba dzi va mía gbɔa? Ele mía nɔvi Elimelek ƒe anyigba dzram, eye mekpɔ be ele be maƒo nu kpli wò tso eŋu, ale be ne èlɔ̃ la, nàƒlee le bubume siawo, ame siwo nye míaƒe ɖasefowo la ƒe ŋkume. Ne èdi be yeaƒlee la, ekema nàna manya fifi laa, elabena ne màƒlee o la, maƒlee. Wòe nye ame gbãtɔ si aƒlee; nyee nye evelia.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Enyo, maƒlee.” Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ekema nyemate ŋui o, elabena Rut viŋutsu ava anyi nye hã nye dome, eye wòagblẽ vinyewo ƒe domenyinuwo me, eya ta àte ŋu aƒlee faa.” Enye kɔnu le Israel ɣe ma ɣi be ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe ɖuƒe na ame bubu la, ekema aɖe eƒe afɔkpa le afɔ atsɔ na amea le ɖasefowo ƒe ŋkume. Nuwɔna sia nye kpeɖodzi na amewo be nua zu ame evelia tɔ. Ale ŋutsu la ɖe eƒe afɔkpa esi wògblɔ na Boaz be, “Wò ŋutɔ àte ŋu aƒlee faa.” Ale Boaz gblɔ na ɖasefoawo kple ame siwo nɔ tsitre ƒo xlã wo la be, “Miekpɔ be egbe, eya ta meƒle Elimelek, Kilion kple Maxlon ƒe nuwo katã le Naomi si, eye mexɔ Rut, Moab nyɔnu la, ame si nye Maxlon srɔ̃ hã wòzu srɔ̃nye, ale be wòate ŋu adzi ŋutsuvi be srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinuwo ŋu, eye eƒe ŋkɔ magabu le ƒomea kple dua me o.” Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem. Wò dzidzimevi siwo Yehowa ana wò to nyɔnu sia dzi la nana wò ƒome nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la tɔ ene.” Ale Boaz ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi. Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be, “Woakafu Yehowa, ame si megblẽ wò ɖi le egbeŋkekea dzi, ale be ƒometɔ manɔ asiwò o; ɖevia naxɔ ŋkɔ le Israel blibo la me, nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.” Naomi xɔ ɖevi la da ɖe atata, eye wòkpɔ edzi. Nyɔnu siwo nɔ afi ma la gblɔ be, “Naomi dzi viŋutsu.” Wona ŋkɔe be Obed. Eyae dzi Yese, David fofo. Perez ƒe dzidzimeviwo yi ale: Perez dzi Hezron, Hezron dzi Ram, Ram dzi Aminadab, eye Aminadab dzi Nahson, Naheson dzi Salma, Salma dzi Boaz, eye Boaz dzi Obed, Obed dzi Yese, eye Yese dzi David." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TH/1-2340902f024c7fe009313e41767ab70f.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na kristohame si le Tesalonika, ame siwo le Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi. Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta. Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã. Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi be woabu mi be miedze na mawufiaɖuƒe si ŋuti miekpe fu ɖo la. Eye le ɣe ma ɣi me ke la, edzɔ le Mawu ƒe ŋkume be wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na ame siwo na xaxa mi la. Eya ta magblɔ na mi, ame siwo le fu kpem la be Mawu ana dzudzɔ mi kple míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe mawudɔla sesẽwo. Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o kple ame siwo katã meɖoa to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o. Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o, ne eva be wòaxɔ kafukafu kple bubu ɖe dɔ gã si wòwɔ na ame kɔkɔewo la ta. Miawo la, mianɔ ame siwo anɔ ekafum la dome, elabena miexɔ Mawu ƒe nya si míegblɔ na mi la dzi se. Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu! Mlɔeba la, atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta. Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta, eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeakee nye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TH/2-d9884015acb7197477d200502b5ae34b.mp3?version_id=1613,"Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o. Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu. Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa? Eye mienya nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava xoxo, elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede o la, mava o. Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi. Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi. Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe. Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o, eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo, eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, wogbe nu le nyateƒe la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me. Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me. Mawu gblɔ nyanyui la na mi to mía dzi, eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me. Nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siawo katã le susu me na mi, eya ta minɔ te sesĩe, eye mialé nyateƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi, esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la nade dzi ƒo na mi, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nyanyui la gbɔgblɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2TH/3-38a38a3f8e941498b621045f2fa67572.mp3?version_id=1613,"Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba, eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene. Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia ame si xɔse la le o. Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me. Míeka ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miele nu siwo míefia mi la dzi wɔm, eye menye zi ɖeka ko o, ke boŋ ɣe sia ɣi. Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Abe ale si míefia mi be miawɔ ene la, migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe, eye mewɔa dɔ aɖeke o la o. Elabena miawo ŋutɔ mienya ale si wòle be miadze míaƒe kpɔɖeŋu yomee. Esi míenɔ mia dome la, míenɔ anyi kuviatɔe alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o. Míewɔ esia menye esi míate ŋu abia kpekpeɖeŋu ma tɔgbi mi ta o, ke boŋ be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo kpɔɖeŋu na mi be miadze eyome. Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.” Gake míese be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi ɖe amenyagbɔgblɔ ŋu. Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii. Hena nɔvi lɔlɔ̃ mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o. Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee. Ke migabui be enye miaƒe futɔ o, ke boŋ miƒo nu nɛ abe nɔvi si hiã nuxlɔ̃ame ene. Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã. Azɔ esia nye nye Paulo ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene, be wòanye kpeɖodzi na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ mi katã mia dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HAG/1-e3069d0125b5863f0da88f53b6bcbead.mp3?version_id=1613,"Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to Hagai, nyagblɔɖila la dzi na Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã, Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi dzi. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi mede ne woagbugbɔ nye gbedoxɔ atu o.’ ” Tete Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be, “Ɖe ɣeyiɣi de be miawo ya mianɔ aƒe nyuiwo me esi nye gbedoxɔ ƒe glikpowo gale nenema koa?” Azɔ la Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋuti. Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Mibu ta me nyuie tso miaƒe zɔzɔme ŋu. Miyi ɖe towo dzi ne miatso atiwo vɛ ne miatsɔ agbugbɔ atu nye gbedoxɔe. Ekema makpɔ ŋudzedze le eŋuti wòade bubu ŋunye.” Yehowae gblɔe. “Miele mɔ kpɔm na nu geɖe, ke nu ʋɛ aɖe ko miekpɔ, eye ne mietsɔe va aƒe mee la, meɖoa ƒuƒu ɖee, eye metɔna ɖe mia si o. Nu ka tae?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Elabena nye gbedoxɔ ganye gli gbagbã li ko, ke mia dome ame sia ame le ʋiʋlim be miatso aƒe nyuiwo na mia ɖokuiwo. Esia tae dziƒowo te zãmu mi eye anyigba gbe nukuwo nana mi ɖo. Meɖe gbe be ku neɖi le agblewo kple towo dzi. Kuɖiɖi ana bli, wain yeye, ami kple miaƒe agblemenu bubuwo nagblẽ. Kuɖiɖi la nava amegbetɔwo, lãwo kple amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi.” Tete Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã kple ame mamlɛawo katã ɖo to Nyagblɔɖila Hagai ƒe gbedeasi si wòxɔ tso Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ elabena woxɔe se be Yehowa, woƒe Mawu lae dɔe eya ta ameawo vɔ̃ Yehowa eye wosubɔe. Le esia megbe la, Hagai, Yehowa ƒe ame dɔdɔ, tsɔ Yehowa ƒe gbedeasi sia na ameawo, “Meli kpli mi,” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme le ɣleti adelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi. Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me," https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/HAG/2-519b1ace918eae665a94ec00f6c41434.mp3?version_id=1613,"Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia gbe la, Yehowa ƒe gbe va to Nyagblɔɖila Hagai dzi be, “Gblɔ na Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple nunɔlaga Yosua, Yehozadak ƒe vi kple Yudatɔwo ƒe ame mamlɛawo eye nàbia wo be, ‘Mia dometɔ kae ate ŋu aɖo ŋku ale si gbedoxɔ la ƒe atsyɔ̃ nɔ tsã la dzi? Aleke miele esia kpɔm fifiae? Ɖe wòɖi nane le mia ŋkumea? Ke azɔ la, Oo Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo eye nàdo ŋusẽ nu’ Yehowae gblɔe. ‘Sẽ ŋu, Oo Yosua, Yehozadak ƒe avi, nunɔlagã, sẽ ŋu, mi anyigbadzitɔwo katã eye miawɔ dɔ.’ Yehowae gblɔe. ‘Elabena nye la meli kpli mi.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Esiae nye nu si mebla kpli mi esi miedo go tso Egipte be, nye Gbɔgbɔ la anɔ mia me. Migavɔ̃ o.’ “Esiae nye nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ, ‘Madidi o la, maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe siaa. Maʋuʋu dukɔwo katã, woatsɔ woƒe kesinɔnuwo ava afii eye gbedoxɔ la ayɔ kple ŋutikɔkɔe.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Klosalo la tɔnyee, eye sika hã tɔnyee.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Gbedoxɔ yeye la ƒe atsyɔ̃ gbɔ gbedoxɔ xoxoa ƒe atsyɔ̃ ŋu sãa.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. ‘Eye le teƒe sia makɔ nye ŋutifafa ɖo.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.” Le ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Hagai be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mibia nu si se la gblɔ la nunɔlawo, ne mia dometɔ aɖe tsɔ lã kɔkɔe aɖe xatsa ɖe eƒe awu me, eye wògblɔ be lã kɔkɔe sia ka abolo alo detsi, wain, ami alo nuɖuɖu bubu aɖe ŋuti la, ɖe wòwɔ nu siawo kɔkɔea?’ ” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ao.” Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, wozu nu makɔmakɔwo.” Azɔ Hagai gblɔ na wo be, “Yehowa be nenema ame siawo kple dukɔ sia le le nye ŋkume. Nu sia nu si miewɔ kple nu sia nu si mietsɔ sa vɔe la ŋuti mekɔ o.” Yehowae gblɔe. “ ‘Eya ta, mibu ta me le nu siawo ŋu nyuie tso fifia yina, mibu ale si nuwo nɔ hafi woɖo kpe ɖe kpe dzi hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu. Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee. Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe. “ ‘Ke tso egbe, ɣleti asiekɛlia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Mibu eŋu kpɔ: Ɖe nuku siwo woƒãna la ƒe ɖewo ganɔ ava mea? Va se ɖe fifia la, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti metse ku haɖe o. “ ‘Gake tso egbeŋkeke sia dzi la, mayra mi.’ ” Yehowa ƒe gbe va na Hagai zi evelia le ɣletia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi be, “Gblɔ na Zerubabel, Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã la be, maʋuʋu dziƒo kple anyigba. Mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi eye makaka dzronyigbadzifiaɖuƒewo. Mamu tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi eye sɔwo kple wo dolawo atsrɔ̃ eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “ ‘Le ŋkeke ma dzi la, matsɔ wò, nye dɔla Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yehowae gblɔe eye mawɔ wò nye ŋkɔsigɛe elabena metia wò.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOL/1-6badf2f0b1c3117b7ae91f083ae79981.mp3?version_id=1613,"Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ. Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo! Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa. Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe, miese nya sia tɔgbi kpɔa? Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoe eye woawo hã nagblɔe na wo viwo ne wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime. Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui. Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o! Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi. Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔ eye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo kple dzatanɔ ƒe tsyowo ene! Wogblẽ nye waingble dome. Wogblẽ nye gbotiwo, wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie. Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene. Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso; ale dɔwuame to na nunɔlaawo kple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me eye wole konyi fam. Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso. Azɔ mi agbledelawo, dzika netso mia ƒo, eye mialulũ, mi waingbledelawo, mifa avi sesĩe. Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta elabena nuŋeŋe nu tso le agble me. Wainkawo ku, gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, detiwo kple atɔtɔŋutiwo kple agblemetiwo katã kura hã ku. Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso. O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu. Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ, mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã, mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume. Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o. Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa. O ŋkeke ma! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ kple aseyetsotso le miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me mawu enu oa? Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me, blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi. Nyiwo le ŋeŋem, nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe, elabena nuɖuɖu meli na wo o, eye alẽhawo le fu kpem. Yehowa, xɔ na mí! Elabena dzo bi gbe damawo, eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi. Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo, elabena tsi mie le tɔʋuwo me, dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOL/2-de1c45fd4b9e83d76d832a0b3668bf8b.mp3?version_id=1613,"Miku kpẽ le Zion! Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be woasee le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ. Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o! Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o. Wodzena abe sɔwo ene eye woƒua du abe sɔdolawo ene. Wole kpo tim le towo tame, woƒe afɔziwo le ɖiɖim abe tasiaɖamwo tɔ ene eye abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene. Wole du ƒum abe asrafo kalẽtɔwoe le du dzi yina ɖe aʋa ene. Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta. Wozɔ yi ŋgɔ kple kalẽ abe aʋawɔlawo ene eye woflɔ gliawo abe asrafowo ene. Wo katã yi ŋgɔgbe eye ɖeke meto miame alo ɖusime o. Ɖeke mebe ɖe nɔvia xa o. Ame sia ame le enɔƒe pɛpɛpɛ Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo ŋu o. Wo katã lũ ɖe du la dzi; woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene. Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o. Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu? “Eya ta Yehowa be, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ, kple miaƒe dzi blibo. Miva kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa.’ ” Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o. Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu, elabena amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi. Medoa dziku kabakaba o, eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o. Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu eye wòagblẽ yayra ɖi na mí? Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la. Miku kpẽ le Zion! Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me. Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ ” Ekema Yehowa aʋã ŋu ɖe dukɔ la nu, eye wòakpɔ nublanui na eƒe amewo. Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o. “Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe. Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò. Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene. Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo agatse kplanyaa abe tsã ene. O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa, miaƒe Mawu la me! Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi. Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ. Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, eye wain kple ami asɔ gbɔ ɖe nudzraɖoƒewo. “Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu. Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o. Mianyae be mele afii le nye dukɔ Israel dome, eye mianyae hã be nye Yehowa, ɖeka hɔ̃ɔ koe nye miaƒe Mawu. Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o. “Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me eye mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi, siwo anye ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ. Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã, dziŋɔ la nava ɖo. Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, akpɔ ɖeɖe eye xɔname anɔ Zion towo dzi kple Yerusalem kple ame siwo Aƒetɔ yɔ la dome abe ale si Aƒetɔ la do ŋugbee la ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOL/3-f8babede2a0f64d3d5c3344e9520eb99.mp3?version_id=1613,"“Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda kple Yerusalem te la, maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome eye woma nye anyigba. “Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi eye woma nye amewo. Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta. “Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. “Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee. Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke. Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi. Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe. “Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be, ‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’ Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo, miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ. Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe. Ame gblɔewo negblɔ be, ‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’ Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi, miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava. “O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi! “Miƒo dukɔwo nu ƒu; mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee, afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã. Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ elabena nukuawo tsi vɔ hele lalam na nuŋeɣi. Miva, mifanya waintsetseawo, elabena wainfiaƒe la yɔ, eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba, elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.” Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la. Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o. Yehowa aɖe gbe tso Zion eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me. Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel. “Mlɔeba la, miava nya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi. Yerusalem azu kɔkɔeƒe; ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o. “Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame. Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa, eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime. Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me. Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe, eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Mahe to na Egiptetɔwo kple Edomtɔwo ɖe woƒe ʋu maɖifɔ kɔkɔɖi ta.” Yehowa le Zion." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/1-08df5a287616eb506c617c14d2ee96a2.mp3?version_id=1613,"O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo, elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.” Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o. Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.” Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me. Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.” Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene. Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea; Filipo kple Toma; Bartolomeo kple Mateo; Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi. Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo. Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be, “Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ. Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.” (Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma. Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.) Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be, “ ‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo, mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’ eye, “ ‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’ ” Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí, tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.” Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka. Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.” Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/2-d6de186a0cba82e4ce48448153eb15c2.mp3?version_id=1613,"Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka. Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ. Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene. Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia. Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm. Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa? Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã? Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma. Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!” Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?” Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la dome nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu.” Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ. Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo. Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be, “ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo. Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me, ale be woagblɔ nya ɖi. Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me, eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaa eye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene. Ɣe ado viviti, eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo. Ke ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ ” Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o. Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, “ ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o. Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me. Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o. Èna menya agbemɔwo, eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ ” Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe. Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia. Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia. Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.” ’ “Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.” Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?” Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.” Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, “Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me.” Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu. Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa. Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ. Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui, wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me, eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/3-d6f075744cbc885a54d14074586ea49a.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si. Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye. Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, “Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume.” Ke tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana nane ye. Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.” Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me. Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu; Woƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ta. Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku. Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?” Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu ŋu. Yesu si miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu hafi. Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo. “Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene. “Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã. Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme. Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ, ne wòaɖo Kristo si nye Yesu, ame si wòtia na mi la ɖe mi. Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ. Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna, esi Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to nu sia nu si wòagblɔ na mi, elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe, awɔ ɖe edzi o la le eƒe amewo dome.’ “Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu. Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo, eye nu si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu bla nu kple Abraham be, ‘Woayra xexea me blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’ Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/4-fed593e58065fad95237ef8a07432dbd.mp3?version_id=1613,"Esi Petro kple Yohanes wonɔ nu ƒom na ameawo alea la, nunɔlawo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. Petro kple Yohanes wonɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome si fia be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe li. Enye nu si medzɔ dzi na wo kuraa o. Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene. Esi ŋu ke la, dziɖulawo, amegãwo kple agbalẽfialawo kpe ta le Yerusalem. Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo. Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame ka ƒe mɔɖeɖe alo ŋkɔ mee miewɔ nu sia?” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro, eye wòɖo eŋu na wo be, “Dziɖulawo kple dumegãwo! Ne miele gbe biam mí egbe ku ɖe dɔmenyo si míewɔ na tekunɔ sia ta be míagblɔ ale si wòwɔ haya la, ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le. Eyae nye, “ ‘Kpe si mi xɔtulawo miegbe la, eya kee trɔ zu dzogoedzikpe.’ Yesu ɖeka pɛ ko dzi ame sia ame ato hafi akpɔ xɔxɔ, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te si wona amegbetɔwo, esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.” Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi. Gawu la, esi wònye be tekunɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o. Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu. Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le tekunɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du blibo la me eye míate ŋu asẽ nu o. Gake be womegakaka woƒe nya si gblɔm wole o la, mina míayɔ wo agbe na wo be womekpɔ mɔ agagblɔ nya alo afia nu ame aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me o.” Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome, eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o. Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.” Esi takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku de wo hede se na wo vevie la, wona wodzo. Ʋɔnua menya tohehe si tututu woatsɔ na wo o, elabena ameawo katã nɔ Mawu kafum le nu si dzɔ la ta. Elabena tekunɔ si ŋuti woda gbe le nukunutɔe la xɔ ƒe wu blaeve gɔ̃ hã. Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu teti ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ la na wo. Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa na Mawu hegblɔ be, “O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme. ȃo nu to Gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, to mía fofo David, wò dɔla dzi be, “ ‘Nu ka ta dukɔwo do dziku ɖe Mawu ŋu, eye amewo le bablawo wɔm dzodzro ɖo? Ɛ̃, Anyigbadzifiawo wɔ ɖeka, eye dziɖulawo bla nu ɖe Aƒetɔ la kple eƒe Amesiamina la ŋu.’ Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu. Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ. Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo. Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.” Esi wodo gbe ɖa vɔ alea la, xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe. Wo katã yɔ fũu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo. Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo, heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome, eye amenuveve gã le wo katã dzi. Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabena enuenu ame siwo si anyigbawo alo aƒewo nɔ la tsɔ wo dzra, eye ga home si wokpɔ la, wotsɔnɛ va dana ɖe apostoloawo ƒe afɔ nu eye womanɛ na amewo le woƒe hiahiã nu. Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”), dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/5-0ce95b97ee8c82a768e5f43048844ee3.mp3?version_id=1613,"Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe, ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã. Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo? Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.” Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la. Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi. Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?” Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.” Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.” Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me. Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me. Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi. Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã. Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me. Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, “Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.” Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme. Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, “Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.” Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me. Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo. Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo. Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!” Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti. Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel. Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.” Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo. Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie. Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o. Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.” Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu. Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.” Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu. Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/6-f62455db0049699ba82405f7d7622633.mp3?version_id=1613,"Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋĩliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Xɔsetɔ siwo doa Grikigbe la tsɔ nya ɖe xɔsetɔ siwo doa Hebrigbe la ŋuti be ne wole gbe sia gbe nuɖuɖu nam la, sue aɖe koe wonaa ahosi siwo doa Grikgbe. Le esia ta la, apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hegblɔ na wo be, “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔe o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta nɔviwo, mitia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu, eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu, ne míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ, ale be míawo la, míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.” Nya sia me kɔ na hame la katã eya ta wotia ame adreawo, siwoe nye: Stefano, ame si ƒe xɔse de to, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu, Filipo, Prokoro kple Nikano. Bubuawoe nye: Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia, ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ. Esi wotia ame adre siawo vɔ la, wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe, eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta, da asi ɖe wo dzi, heyra wo. Le esia megbe la, apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo, eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe nunɔla geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo. Azɔ la, Stefano, ame si Mawu ƒe amenuveve kple ŋusẽ yɔ fũu, eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le amewo dome. Ke yometiti va na xɔseha tso Yudatɔwo ƒe xɔseha aɖe si woyɔna be, Ablɔɖe ƒuƒoƒe la me. Ha sia me nɔlawo nye Yudatɔ siwo tso Kirene, Aleksandria kple Kilikia nutowo me kpakple Asia. Ame siawo de asi nyahehe me kple Stefano. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta. Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.” Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee. Aʋatsoɖaseɖila siawo va ɖi ɖase le eŋu le ʋɔnua be, “Ame sia ƒe nuƒoƒo tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔe la kple Mose ƒe sewo ŋu ɣe sia ɣi.” Woyi edzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be Yesu Nazaretitɔ sia ava gbã gbedoxɔ la, eye wòaɖe se siwo katã Mose na mí la ɖa.” Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ, nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/7-0d6695a99a08f145fbf7d60a747ee5ab.mp3?version_id=1613,"Nunɔlagã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa?” Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran. Mawu gblɔ nɛ be, ‘Do go le wò dukɔ kple wò ƒometɔwo dome, eye nàyi anyigba bubu aɖe sãa si mafia wò la dzi.’ “Ale Abraham dzo le Kaldeanyigba dzi ɖanɔ Haran va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israelnyigba sia dzi. Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã. Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene. Ke hã la, mahe to na dukɔ si ado kluvi Israelviwo, eye emegbe la, Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔm le afi sia.’ Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso. “Yosef si nye Yakob ƒe vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu o, ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me, eye gawu la, Mawu na be Egipte Fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la, Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me, eye wògaɖoe tatɔe le eƒe fiasã blibo la me hã. “Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kananyigba dzi, ale be mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ. Yakob se be nuɖuɖu le Egiptenyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ. Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo, elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma o. Eɖe wo fia Fia Farao hã. Yosef dɔ nɔviawo be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakob, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte. Esiae na be Yakob kple viawo katã ʋu va tsi Egipte, afi si wo katã ku ɖo, eye wokɔ Yakob kple viawo va Sikem, eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hamor ƒe viwo gbɔ la me. “Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la, Israelviwo gadzi ɖe edzi fũu ŋutɔ le Egipte. Ke ‘fia bubu va zi dzi le Egipte, ame si menya naneke tso Yosef ŋu o.’ Le esia ta la, ewɔ funyafunya mía tɔgbuitɔgbuiwo, eye wòde se be woatsɔ woƒe vidzĩwo aƒu gbe ne woaku. “Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu adzrae ɖo o ta la, wokɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao ƒe vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi. Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me. “Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa. Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpui la ƒom, nɔ funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui. Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o. Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’ “Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi?’ Eyi edzi bia Mose be, ‘Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?’ Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le. “Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me. Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be, ‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta dzi be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o. “Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe. Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’ “Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi hã?’ la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi. Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ. “Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia nɔviwo dome abe nye ke ene.’ Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo. “Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ, eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte. Le nyateƒe me la, woyɔ Aron hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte la na mí, elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egiptenyigba dzi la dzi o.’ Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ. Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã? Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’ “Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu. Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli. Mawu yra Fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya Yakob ƒe Mawu la. Ke David ƒe vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ. “Ke hã la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o, elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “ ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam? Aƒetɔ la gblɔe. Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ? Alo Menye nye asie wɔ esiawo katã oa?’  “Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele. Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui. Ɛ̃, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.” Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me. Ke Stefano, ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la, eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime. Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔ Vi la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.” Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ, ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe to me be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o. Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo. Esi wonɔ kpe fum Stefano la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ.” Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègaɖo nu vɔ̃ sia teƒe na wo o.” Ale wòdze anyi heku." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/8-f706b98e8e8810cc686d07d006bb0fb7.mp3?version_id=1613,"Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem. Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua ɖaɖi, eye wofae ŋutɔ. Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me. Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la. Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo. Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria, eya ta amewo va ɖoa toe ɣe sia ɣi. Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo. Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũu. Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã. Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la. Amewo dze eyome hoo, elabena enana be woƒe nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe. Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ. Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa. Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria teti ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga apostoloawo, eye wògblɔ na wo be, “Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga! Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o. Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò, elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.” Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.” Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã. Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.” Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le, eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.” Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?” Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema. Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge, eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o. Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnue ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o. Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.” Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?” Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu. Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?” [ Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]” Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ. Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ. Egblɔ nyanyui la le afi ma, eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/9-577dae3b0f636aa89d8e51b37b671cc2.mp3?version_id=1613,"Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã, eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo. Le esia ta la, eyi nunɔlagã la gbɔ be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem. Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo. Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?” Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom, Aƒetɔ?” Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.” Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saulo ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo, elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ, gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o. Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko. Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe. Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.” Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie, elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, ada asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu, ale be wòagate ŋu akpɔ nu.” Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe! Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.” Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã, ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.” Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.” Enumake ewɔ abe nane ƒe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu, eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsi ta nɛ enumake. Ŋusẽ gaɖo Saulo ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saulo nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo. Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu ƒe Vi la. Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!” Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o. Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo. Ke ame aɖe va fi tofi na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli be ne eva yina la, yewoawui. Eya ta gbe ɖeka zã la, Saulo yomedzela aɖewo kɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to do si le dua ƒe gli la me la me heɖiɖii ɖe anyigba. Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la, gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ, eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o, elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu yewo dometɔ ɖeka. Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo. Esia na be apostoloawo xɔ Saulo ɖe wo dome. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli le Yerusalem henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. Ke eva eme be Helatɔ siwo trɔ zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui. Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaesarea, eye tso afi ma la, woɖoe ɖe wo de, Tarso. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo. Esi Petro nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe la, eva Mawu ƒe ame siwo le Lida hã gbɔ. Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le. Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aeneas, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tsitre, eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake. Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron la dze Aƒetɔ la yome, elabena wokpɔ Aeneas wònɔ zɔzɔm. Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyɔnu sia dze dɔ, eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo, eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi. Ke esi nusrɔ̃lawo se Petro ŋkɔ le Lida la, woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ. Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia. Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi. Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo. Nukunya sia kaka ɖe Yopa du blibo la me, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔ la dzi se. Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke geɖe, eye wònɔ Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒe me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/10-e49137eb99fe184a6d5ebd5cfc90179d.mp3?version_id=1613,"Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me. Eya kple eƒe ƒometɔwo katã nye Mawuvɔ̃la vavãwo. Enaa nu ame siwo le hiahiã me fũu, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu atraɖii. Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!” Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene. Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si hã woyɔna be Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe la ƒe aƒe me le ƒuta lɔƒo.” Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la, eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ. Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa. Ke dɔ de asi ewuwu me, eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega. Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzogoe eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba. Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi. Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.” Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.” Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.” Woɖe ŋutega sia fia Petro zi etɔ̃ sɔŋ. Le esia megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo. Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu. Woyɔ ame aɖe ɖa biae be Simɔn si woyɔna be Petro la dze afi sia mahã? Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me, eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.” Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu ka miele diyem be mawɔ na mi?” Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.” Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea. Wova ɖo Kaesarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro. Esi Petro ge ɖe aƒea me teti ko la, Kornelio ɖe abla ɖadze klo ɖe eƒe akɔme be yeade bubu eŋu. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.” Kornelio tsi tsitre, eye eya kple Petro wonɔ dze ɖom hege ɖe aƒea me, afi si ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo. Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o. Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.” Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme. Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu. Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’ Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.” Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã. Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ. Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me. Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.” Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le. Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu, eye wòɖee fia ame tɔxɛ siwo eya ŋutɔ tia la. Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe. Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa. Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.” Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi. Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa, be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe ame siwo menye Yudatɔwo gɔ̃ hã dzi, elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm, nɔ Mawu kafum. Tete Petro gblɔ be, “Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene.” Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/11-f5ff773741f927734ee15660d2960618.mp3?version_id=1613,"Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple xɔsetɔ siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo hã xɔ Mawu ƒe nya la. Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo tso aʋa la he nya ɖe eŋu vevie. Wogblɔ be, “Wò la, eɖade ha kple ame siwo metso aʋa o, eye mi kple wo miede asi agba ɖeka me ɖu nu gɔ̃!” Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo. Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo. Esi melé ŋku ɖe aklala la dzi la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã wɔadãwo kple lã tatawo kple dziƒoxeviwo le afi ma. Mese gbe aɖe wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tsitre. Wu lã siawo ne nàɖu.’ “Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’ “Ke megase gbeɖiɖi la tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’ “Nuwɔna sia yi edzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe la, wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe. Le ɣe ma ɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaesarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaesarea. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea. Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò. Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’ “Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene. Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Yohanes, de mawutsi ta na amewo kple tsi, ke miawo la, woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la’ va ta me nam enumake. Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia ame siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?” Esi wose Petro ƒe nya siawo la, woƒe nu ku, eye wokafu Mawu gblɔ be, “Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzi me akpɔ agbe.” Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenisia, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko. Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã tso Aƒetɔ Yesu ƒe nyanyui la ŋu. Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo. Esi Hame si le Yerusalem la se nu si le edzi yim la, woɖo Barnabas ɖe Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu. Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã. Barnabas nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu Aƒetɔ la tɔ. Tso Antioxia la, Barnabas ti Saulo ƒe mɔ yi Tarso. Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe, eye wo ame eve la trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.” Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia. Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.) Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋui ene. Wowɔ esia, eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnabas kple Saulo si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/12-c09b50a31b5748e44ebdd282418f0a4b.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi me la, Fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta. Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la kple yi. Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo ŋutɔ, eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum. Ke esi eƒe asi su edzi la, edee mɔ. Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui. Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta. Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm. Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe va do, eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tsitre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu. Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema, eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò ali dzi sesĩe ne nàdze yonyeme.” Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene, eye wòdze eyome do go le gaxɔ la me. Mebu nu si nɔ dzɔdzɔm la nu vavã o. Ewɔ nɛ abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene. Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe, eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa, si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agbo la ŋutɔ ʋu le eɖokui si, ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ. Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe ta me vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.” Petro nɔ tsitre, bu ta me sẽe, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada la ƒe aƒe me, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le. Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbonu la, eƒo ʋɔa, eye dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se. Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la, dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒe la be “Petro va le agboa nu le eƒom!” Ameawo mexɔ nyɔnuvi la ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ hã be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe mawudɔlae.” Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa, eye esi wokpɔ Petro la, gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ. Petro tsɔ asi wɔ dzesi na wo be woazi ɖoɖoe kpoo, ale wògblɔ ale si Aƒetɔ la ɖee le gaxɔa me la na wo. Egblɔ na wo be, “Migblɔ nu si va dzɔ la na Yakobo kple ame nɔviawo.” Emegbe eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu. Le fɔŋli la, zi gã aɖe tɔ ɖe asrafoawo dome ku ɖe nu si va dzɔ ɖe Petro dzi ŋu. Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ, eye womekpɔe o la, ena wolé asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo, eye wotso kufia na wo, hewu wo enumake. Le esia megbe la, Herodes dzo le Yudea yi ɖanɔ Kaesarea vie. Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ. Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes. Esi ŋkeke la ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo. Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe edzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene, eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ, eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo. Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes ƒu anyi, elabena metsɔ kafukafu na Mawu o. Ŋɔviwo ɖui, eye wòku. Le ɣeyiɣi siawo me la, Mawu ƒe nya la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo. Barnabas kple Saulo gaɖi tsa va Yerusalem, eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu teti ko la, wogatrɔ dzo yi Antioxia, eye wokplɔ Marko si wogayɔna be Yohanes hã yii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/13-8b8e9a5e4013e00dae1c596cb6165baa.mp3?version_id=1613,"Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo. Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.” Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa ɣeyiɣi aɖe, eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnabas kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta, eye wodo mɔ wo be woayi. Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene. Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila. Ame sia nye dɔtsɔla na mɔmefia si le afi ma si woyɔna be Sergio Paulo. Mɔmefia la nye ame si ƒe tagbɔ kɔ, eye wòdɔ woyi ɖayɔ Barnabas kple Saulo, elabena edi be yease Mawu ƒe nya. Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o. Ke Saulo, ame si wogayɔna be Paulo, si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũu la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku, eye wòblu ɖe eta be, “Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu? Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye. Esi mɔmefia la kpɔ nu si dzɔ la, exɔe se, elabena eƒe nu ku le nufiafia si wòse tso Aƒetɔ la ŋu ta. Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem. Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me. Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.” Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom! “Israel dukɔ sia ƒe Mawu tia míaƒe dukɔ sia, eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi bubutɔe. Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ. Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kananyigba dzi, eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene. Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ (450). Le esiawo megbe la, Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe Nyagblɔɖila Samuel dzi. “Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene. Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’ Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu, ame si nye Ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.” Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la, ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu. Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Ɖe miebu be nyee nye Kristo la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Nyemedze ne matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.’ “Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o siwo vɔ̃a Mawu sia la, medi be mianya be míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖo.” Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me. Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o, gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko. Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me. “Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me, eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. Nyanyui sia gblɔm míele na mi; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo, ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be, “ ‘Wòe nye vinye ŋutsu, egbe mezu fofowò.’ Esi Mawu fɔe ɖe tsitsre, eye wòɖo kpe edzi be eƒe ŋutilã maganyunyɔ akpɔ o ta la, egblɔ le eŋuti be, “ ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’ Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be, “ ‘Mana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã manyunyɔ o.’ “Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome. Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me, eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.” Paulo yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ ƒe kɔkuti me, eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Mose ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o. Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o. Wogblɔe be, “ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.’ ” Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi. Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi, eye Paulo kple Barnabas gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me. Le Dzudzɔgbe si dze eyome dzi la, du blibo la katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Aƒetɔ ƒe nya la. Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnabas, eya ta wogblɔ busunyawo, eye wotsi tsitre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie. Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ. Esia nye se si Aƒetɔ la de na mí be, “ ‘Mewɔ wò be nànye kekeli na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye nàkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’ ” Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. Ale wɔ Aƒetɔ la ƒe nya la keke ta le nuto ma katã me. Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me. Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe dzesi ene, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Ikonio. Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/14-1ca13800c58969c0e410417fc9dab0f6.mp3?version_id=1613,"Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si woyi ene la, Paulo kple Barnabas gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã, eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe, ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa trɔ zu xɔsetɔwo. Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o. Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã. Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ apostoloawo yome. Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo. Esi Apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me, eye wogblɔ nyanyui la le teƒe mawo hã. Le Listra la, ŋutsu aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tsitre o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔ me ke; mezɔ azɔli kpɔ o. Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ, eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tsitre!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsu la ti kpo, eye wòde asi azɔlizɔzɔ me. Esi ameha la kpɔ nukunu si Paulo wɔ la, wodo ɣli le Likaoniagbe me be “Mawuawo ɖi va mía gbɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me!” Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnabas be Zeus, eye woyɔ Paulo be Hermes, elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu. Enumake Zeus ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũu vɛ, eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume. Ke esi apostoloawo, Barnabas kple Paulo see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be, “Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ. Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu. Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.” Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esesẽ hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o. Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku. Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã wotrɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnabas wodzo yi Derbe. Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia, eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.” Paulo kple Barnabas ɖo hamemegãwo ɖe hame sia hame nu, eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Aƒetɔ si dzi woxɔ se. Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi to Pisidia nuto me va ɖo Pamfilia alo Terki. Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia. Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu. Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo. Paulo kple Barnabas tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/15-54a604ea93f80cb0a4763f85ccefbae8.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe. Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see. Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.” Ke apostolowo kple hamemegãwo ɖe kpɔ hedzro biabia sia me nyuie. Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se. Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene. Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã? Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.” Le nuƒo sia megbe la, ƒuƒoƒe la zi ɖoɖoe, eye nyahehe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnukpɔkpɔ Paulo kple Barnabas be wogblɔ nukunu kple dzesi gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na wo. Esi woƒo nu vɔ la, Yakobo hã tsi tsitre ƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, miɖo tom. Simɔn gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso ame siwo menye Yudatɔwo o dome be woasubɔ ye la na mi. Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be, “ ‘Le nu siawo megbe la, magatrɔ ava, eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la. Magbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo, eye mafɔ wo ɖe tsitre, ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la. Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’ Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke. “Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o. Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ. Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.” Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me. Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si, eye emenyawo yi ale: Mía nɔvi siwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu xɔsetɔwo le Antioxia, Siria kple Kilikia, Mixɔ gbedoname tso. Apostolowo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ. Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ. Ame dɔdɔ eve siawoe nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi. Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe. Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la, woƒo kristotɔwo katã nu ƒu, eye wotsɔ gbedeasi la ɖo woƒe ŋkume. Esi woxlẽ agbalẽ la, eye wose emenyawo la, hame la katã kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse. Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia Hame gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo. [ Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma.] Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu. Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.” Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. Ke Paulo hã kplɔ Silas kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo le afi mawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/16-5c812da2f92993cfd1db99c7dc85951f.mp3?version_id=1613,"Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe la, woyi Listra. Le afi sia la, wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo, ame si dada nye Yudatɔ kple xɔsetɔ, ke fofoa nye Grikitɔ. Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio la ŋu ŋutɔ. Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo. Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi. Esia na be hameawo tsi ɖe edzi le xɔse me, eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi. Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nuto me, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asianyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o. Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi Bitinia o, ke boŋ woto Misia nuto me heyi Troa. Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tsitre ɖe Makedonia le Helanyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le Makedonia afi sia, ne nàva kpe ɖe mía ŋu.” Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la. Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake, eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli. Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo. Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea. Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nɔ nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se. Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ. Gbe ɖeka la, esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye. Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, “Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi.” Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake. Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo. Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me be woawɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.” Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be wòakpɔ wo dzi nyuie. Le esia ta la, gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke, eye wòde ga afɔ na wo sesĩe. Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem. Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa. Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui. Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia.” Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya. Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?” Woɖo eŋu nɛ be, “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.” Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã. Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la. Ena nu wo woɖu, eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũu kple dzidzɔ, elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo. Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.” Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.” Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.” Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta. Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔ la me, eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me. Wodo go le gaxɔ la me. Ale Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/17-c01bef7621b0e685534405fd77bf9521.mp3?version_id=1613,"Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le. Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo. Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.” Yudatɔ geɖewo xɔ se, eye wowɔ ɖeka kple Paulo kple Silas, hekpe ɖe Helatɔ siwo vɔ̃a Mawu la ƒe ha gã aɖe kpakple nyɔnu ŋkuta aɖewo ŋu. Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Silas, eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu tso ablɔwo dzi siwo wɔ ameha gã aɖe, eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me. Wosi du yi Yason ƒe aƒe me le Paulo kple Silas dim ne woakplɔ wo va ameha la ŋkumee. Ke womekpɔ Paulo kple Silas le aƒea me o, eya ta wolé Yason kple xɔsetɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumegãwo gbɔe, eye wonɔ ɣli dom be, “Ame siwo de zi amewo me le xexea me katã la va afi sia hã azɔ, woawoe Yason na sitsoƒee ɖe eƒe aƒe me. Wo katã da le Kaisaro ƒe se dzi le gbɔgblɔm be fia bubu aɖe li si ŋkɔe nye Yesu.” Esi wose esia la, ameawo kple dumegãwo de asi hoowɔwɔ me. Ke esi woxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple etɔwo si la woɖe asi le wo ŋu be woadzo. Le zã ma me la, xɔsetɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Silas do goe le dua me alɔtsɔtsɔe, eye woyi Berea. Paulo kple Silas gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã hegblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me. Bereatɔwo ɖɔ ʋu wu Tesalonikatɔwo, elabena woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣe sia ɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo nɔ mahã. To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkuta siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se. Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Berea la, wogati wo yome yi afi ma hã, eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu. Ke xɔsetɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe ƒuta gome lɔƒo, gake Silas kple Timoteo ya tsi anyi. Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Berea. Paulo de gbe asi na wo be woagblɔ na Silas kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene. Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me, eye wòɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be dua me yɔ fũu kple legbawo. Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe. Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo hã. Wo dometɔ aɖewo bia be, “Nu kae nukpoloeƒola sia le didim be yeagblɔ?” Ɖewo gblɔ be, “Ewɔ abe dutamawuwo ŋue wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabena Paulo nɔ nyanyui la gblɔm ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti. Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wogblɔ nɛ be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu. Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe míaƒe towo me, míedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.” (Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo ŋuti dɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.) Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tsitre ɖe ameha la titina le Areopago la dzi heƒo nu gblɔ na wo be, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒãa be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ, elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be, mawu si mienya o la tɔe. Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi. “Mawu siae wɔ xexea me kple nu siwo katã le eme, eye wònye dziƒo kple anyigba ƒe aƒetɔ na nu sia nu. Esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o, eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ naa agbe kple gbɔgbɔ amegbetɔ, eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo. Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ medidi tso ame aɖeke gbɔ o hã. ‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’ “Ne míenye Mawu viwo la, ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple sika alo klosalo alo kpe le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la o. Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko, elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” Esi wosee wògblɔ nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ, ke ame bubuwo gblɔ be, “Míedi be míagase nya sia ɣe bubu ɣi” Ale Paulo dzo le takpeƒe la. Ame ʋɛ aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio si nye dumegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/18-a80dbfec7ab9b4d5ba3a58857ebc9180.mp3?version_id=1613,"Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto. Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ, elabena enye avɔgbadɔwɔla abe woawo ke ene. Enɔ wo gbɔ hewɔ dɔ kpli wo. Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me. Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la. Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.” Ale Paulo dzo le ƒuƒoƒea, eye wòge ɖe aƒe aɖe si le ƒuƒoƒea ŋu la me, heyi ɖanɔ aƒea tɔ si woyɔna be Tito Yusto la gbɔ, ame si nye Mawusubɔla. To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye wòde mawutsi ta na wo. Korintotɔ bubu geɖe siwo hã se eƒe mawunya la trɔ dzi me, eye wòde mawutsi ta na woawo hã. Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le ɖeɖefia me be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi, eye mègazi ɖoɖoe o, elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm. Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui. Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple se la o dzi.” Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi, gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.” Ale Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la. Ameha la do dziku vevie, ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒemegã la dzi, eye wolée heƒoe nyuie le ʋɔnu la ŋkume, gake Galio mede nu eme kura o. Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta. Esi wova ɖo Efeso la, Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe tɔdziʋu la me, eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe. Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie, gake egbe. Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la, edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la, matrɔ ava.” Esia megbe la, eɖo tɔdziʋu tso Efeso. Esi wòɖo Kaesarea la, eɖado gbe na hame la, eye wòyi Antioxia. Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã. Eva eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo, ame si tso Aleksandria la va Efeso. Ame sia nye agbalẽnyala gã aɖe si bi ɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔe la me. Wofia nue tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe, eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã. Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã. Apolo di vevie be yeayi Akaya nuto me, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, woaxɔe. Esi wòva ɖo Akaya nuto me la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma le amenuveve me. Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo, eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la vavã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/19-c3f63af2820d34597fe74a8ce83dd10f.mp3?version_id=1613,"Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma, eye le woƒe nyamedzodzro me la, Paulo bia wo be, “Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mahã?” Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o.” Paulo yi edzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?” Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.” Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.” Esi wose nya sia la, wo katã wolɔ̃, eye Paulo de mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me. Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã. Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve. Paulo yi ɖe ƒuƒoƒe la me nɔ mawunya gblɔm kple dzideƒo ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu ale be woxɔe se. Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o, ale wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Mɔ la ŋu le dutoƒo. Nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ nusrɔ̃lawo ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me, afi si wòƒoa nu na wo le gbe sia gbe. Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Grikitɔ siwo katã le Asia la katã se Aƒetɔ la ƒe nya la. Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me. Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!” Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye Yudatɔwo ƒe nunɔlagã aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo. Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã, eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Yesu la medze sii eye Paulo la menyae nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?” Enumake ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la dzo dze wo dometɔ eve dzi, heɖu wo dzi, ƒo wo, eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae. Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. Ame geɖe siwo xɔe se la va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me. Ame siwo nye afakalawo la tsɔ woƒe agbalẽwo kple nu kpotokpotoewo vɛ, eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe siɖi akpe blaatɔ̃ ene. Esia nye dzesi be Aƒetɔ la ƒe nya la xɔ aƒe kple ŋusẽ le nuto la me vavã. Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be wòayi Makedonia kple Akaya nuto me hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la, ele be yeayi Roma hã. Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timoteo kple Erasto la ɖa be woado ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nuto me, ke eya ŋutɔ gatsi Asia vie. Ke le ɣe ma ɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le Kristotɔwo ta. Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalotula, eye dɔsrɔ̃viwo nɔ esi fũu. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Artemis ƒe legbawo wɔm kple klosalo. Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã wɔa klosalotutu dɔ le dua me la nu ƒu, eye wòƒo nu na wo ale, “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalotutu siae míewɔna ɖuna. Ke ele nyanya me na mi katã be Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye mawu gbagbe o, eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afi sia kple Asia nuto la katã me o. Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.” Nya sia de adã ta me na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo!” Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia. Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒe la, gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o. Romasrafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o. Takpekpe la ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom, nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma ɖo gɔ̃ hã o. Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo. Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo! Artemis, Efesotɔwo ƒe Mawu la lolo!” Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔla la ble wo nu wozi ɖoɖoe, ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Artemis si ge tso dziƒo la ƒe du gã. Le esia ta la, mehiã be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyaʋunya wɔm alea gbegbe o. Ame siwo mielé va afi sia la mefi naneke le Artemis ƒe gbedoxɔ me o, eye womegblɔ busunya aɖeke ɖe míaƒe mawunɔ la ŋu hã o. Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo. Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi dutakpekpea me aɖalée kpɔ. Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.” Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒo la, eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒe me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/20-641200ab3d20442faa27c8fa0cdcaf94.mp3?version_id=1613,"Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la, eklã wo hedzo ɖo ta Makedonia. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki. Paulo nɔ Helanyigba dzi ɣleti etɔ̃, eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta la, eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia boŋ. Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me. Ame siawo katã do ŋgɔ na mí, eye wonɔ mía lalam le Troa. Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi. Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake. Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” Wo katã wogatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le esia megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ. Le nyateƒe me la, ɖekakpui la gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. Eva tu mí le Aso, eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. Tso afi ma la, míeva to Kios ŋu, va to Samo, eye mlɔeba la, míeva ɖo Mileto esi ŋu ke. Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋu la me. Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia. Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔ kple aɖatsi me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o. Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me. “Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã. Nu si ko Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nam le du sia du mee nye be fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti. “Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o. Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo. Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu. Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome. Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi. “Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe amenuvevenya ana be miaƒe xɔse nali ke, be wòakpɔ mia ta, eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ” Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi, vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/21-1e299fb1fdbcf31a1d3e13b44fb67120.mp3?version_id=1613,"Esi míeklã Efeso hanunɔlawo vɔ la, míedze mɔ tẽe va ɖo Kos. Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Rode, eye tso afi ma míeyi Patara. Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenisia si le Siria nuto me yim. Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia. Míawo hã míeɖi tsa yi dua me, eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kɔsiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi, ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o. Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la, míedzo, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa va ɖo mí ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le. Míedo hedenyuie na wo, ge ɖe tɔdziʋu la me, eye woawo hã trɔ yi aƒe me. Tso Tiro la, míeva tɔ ɖe Pitolemia, eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame si le afi ma kpɔ. Tso afi ma míeyi Kaesarea, eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ. Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo, eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nuto me va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ. Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka, eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututu Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” Esi míese nya sia la, mí Paulo ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem o. Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.” Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le nya la ŋu, eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo, eye míedze Yerusalem mɔ. Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaesarea kplɔ mí ɖo, eye esi míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason, ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒe me. Esi míeɖo Yerusalem la, xɔsetɔ siwo le dua me la xɔ mí nyuie ŋutɔ. Ke ŋkeke evea gbe la, Paulo kplɔ mí ɖe asi, eye míeɖado gbe na Yakobo kple hamemegã siwo le Yerusalem hamea me. Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo. Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu, ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu Kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o. Ke fifia ɖe, aleke míele nya sia lé gee? Godoo la, woasee be èva ɖo dua me. “Nu si míedi be nàwɔe nye esi, ame ene aɖewo le mía dome siwo le dzadzram ɖo be yewoalũ ta, aɖe adzɔgbe le sea nu, eya ta míadi be wò hã nàkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔ la me, eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la, ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o. Ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi. “Ke le ame siwo menye Yudatɔwo o siwo xɔ se la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye womegawɔ matre o.” Paulo lɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi, eye wòdze ameawo yome woyi ɖakɔ wo ɖokuiwo ŋu. Emegbe eyi ɖe gbedoxɔ la me, hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo gblɔm fia wo, va se ɖe esime woame nu ɖe wo dome ame sia ame ta. Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va Yerusalem, eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔ la me. Enumake wode ʋunyanya amewo dome ɖe eŋu, eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be, “Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.” (Wogblɔ esia, elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi, eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔ la mee.) Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta, eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔ la me hedo ʋɔa. Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Romasrafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me. Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woaɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi amehawo kpɔ asrafoawo wogbɔna ko la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo. Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo, eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòbia ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ la wo. Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobii aɖeke o, elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta la, asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee. Esi wova afi ma henɔ atrakpuiawo liam la, ameha la galũ ɖe wo dzi kple adã. Esia na be asrafoawo kɔ Paulo ɖe abɔta be woƒe asi nagakae o. Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!” Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.” Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe, ale wòbiae be, “Ɖe nèse Helagbea? Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene, eye nèkplɔ amewulawo abe akpe ene sɔŋ ene woɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?” Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la, Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò, ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.” Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi, ale Paulo tsi tsitre ɖe atrakpui la dzi hekɔ asi dzi na ameha la, eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/22-8aaeb9fbc593cb654d9820418b0e6e76.mp3?version_id=1613,"“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me, miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu miase.” Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã. Paulo yi edzi be, “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene. Meti Kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me. Yudatɔwo ƒe nunɔlagã kple amegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabena mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi wo nɔviwo Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko, eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo. “Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ale mahã?’ “Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom nam?’ “Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’ Ame siwo nɔ ŋunye la se nuƒoa pɛpɛpɛ, gake womese nu si wògblɔ la gɔme o. “Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’ “Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tsi tsitre nàyi Damasko dua me, eye ame aɖe agblɔ nu siwo wɔ ge nàla le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’ “Ke esi metso le anyigba la, mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o le kekeli gã ma ta eya ta ame siwo le ŋunye la lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko. “Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ. Ame sia va tsi tsitre ɖe gbɔnye, eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saulo, ʋu ŋku nàkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu, eye megakpɔ nu. “Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe, eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be nànye eƒe ɖaseɖila na amewo katã, eye nàgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã na amewo. Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖeko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ “Metrɔ va Yerusalem, eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me la, mekpɔ ŋutega aɖe, eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nàdzo le Yerusalem, elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la, womaxɔe se o.’ “Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo, eye medea wo gaxɔ me. Gawu la, esime wonɔ wò dɔla Stefano ƒe ʋu kɔm ɖi la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma, eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumee.’ “Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo, elabena yeaɖom ɖe kekeke ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ be magblɔ nya na wo.” Esi wògblɔ nya sia ko la, ameha la ganyra kple ɣli bobobo be, “Mikplɔ ame ma ƒomevi dzoe le anyigba dzi! Miyi ɖawui! Medze be wòanɔ agbe o!” Ale woda woƒe awuwo ɖe yame, eye wolɔ ke hlẽ ɖe yame dzikutɔe. Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo. Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnue oa?” Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?” Asrafowo ƒe amegã la ɖe abla va Paulo gbɔ hebiae be, “Ŋutsu, Romatɔe nènye vavã?” Paulo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Romatɔe menye.” Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye, gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.” Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.” Nya sia na be vɔvɔ̃ ɖo asrafowo ƒe amegã la, le esi wòɖe gbe be woabla Paulo ta. Asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe eƒoƒo ŋu la katã bu le afi ma enumake esi wose be Romatɔe wònye. Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me, eye wòyɔ nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututu le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/23-bf32225a64732488622e65a275b5e436.mp3?version_id=1613,"Paulo li ŋku ɖe takpekpea dzi gãa, eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣe sia ɣi.” Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ. Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!” Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ be nànɔ Mawu ƒe nunɔlagã la dzum alea?” Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye nunɔlagã la o, elabena mawunya gblɔ be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò dukɔ ƒe kplɔlawo ŋu o.’ ” Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.” Esi wògblɔ esia ko la, ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome, eye takpekpe la ma ɖe akpa eve. (Elabena Zadukitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Farisitɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.) Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsi tsitre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi. Hoowɔwɔ la va de dzi blibo, eye asrafoawo ƒe amegã vɔ̃ be woava vuvu Paulo. Mlɔeba la, eɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe. Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.” Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu, eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o. Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene. Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o. Miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, miwɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene, ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la me. Míawo la, míade xa ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi, awui.” Ke Paulo ƒe srɔ̃nyi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla ɖagblɔe na Paulo le mɔ la me. Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ. Asrafoa kplɔ ɖekakpui la yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene, eye wògblɔ na asrafoawo ƒe amegã be, “Paulo, gamenɔla la, yɔm va eɖokui gbɔ, eye wòɖe kuku nam be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwò, elabena nya aɖe le esi be wòagblɔ na wò.” Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya ka nèdi be yeagblɔ nam?” Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee be yewoagabia gbee. Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.” Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpui la be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo. Enumake Asrafomegã la yɔ etevi eve, eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asiekɛ me. Midi sɔ na Paulo wòado ale be miakplɔe aɖade asi na mɔmefia Felix dedie.” Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale: Klaudio Lisia, Na Bubutɔ, mɔ̃mefia Felix, Xɔ gbedoname nyui sia. Gbe ɖeka la, Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mese be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woɖaxɔe le wo si. Emegbe la, mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo. Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔ be menye nya gobii aɖeke wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o. Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo. Ale, le zã ma me la, asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre. Esi ŋu ke la, wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaesarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe le mɔ la me. Esi wova ɖo Kaesarea la, wotsɔ Paulo de asi na mɔmefia la, eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ. Esi mɔmefiagã la xlẽ agbalẽ la vɔ la, ebia du si me tɔ Paulo nye lae eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.” Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/24-4c55b407f10155f638815dab331c6f0f.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo. Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o. Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta. Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o, eya ta meɖe kuku na wò mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko le wò dɔmefafa la nu. “Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã. Nu si gavlo wu lae nye be edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. [Ɖe míebe míadrɔ̃ ʋɔnue le míaƒe se la nu hafi. Ke asrafowo ƒe amegã Lisia va xɔe le mía si sesẽtɔe eye wòna be enutsolawo nava gbɔwò.] Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.” Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene. Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu. Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta la, dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò. Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me. Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ la me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o. Le nya si wotsɔ ɖe nunye fifia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o. Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le Mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se. Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be Mawu ana nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me, eye le esia ta la, medzea agbagba wɔa nye dzitsinya ŋuti dɔ nyuie be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.” Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe, eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu, eye masa vɔ na Mawu hã. Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm. Ameha aɖeke alo ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o. Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Asia nuto me, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe, vodada ka wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ medze be magblɔ hafi o koe nye be, ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia me ɖo lae nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’ ” Felix nya nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta la, egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia nava hafi yeatso nya la me. Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me, gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa, eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie. Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee. Felix nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye, eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii. Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la, woɖe Felix le afi ma hetsɔ Porkio Festus ɖo eteƒe. Le esi Felix di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/25-f002fcedb833b3a5d6660cf84c91bbde.mp3?version_id=1613,"Esi Festus dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem. Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui. Festus ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔ me le Kaesarea, eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la, mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsu la ŋu le afi ma nenye be eda vo aɖe.” Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festus trɔ yi Kaesarea, eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu. Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paul ŋu, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋu aɖeke le o. Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o, eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la, nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu alo Kaisaro ŋu o.” Ke Festus di vevie be yeave Yudatɔwo nu, eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi ma?” Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afi si wòle be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu le. Nyemewɔ vɔ̃ aɖeke Yudatɔwo o, abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene. Ne mewɔ nane si dze na ku la, nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke nakɔm ade asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na Fia Kaisaro ŋutɔ!” Nya sia na be Festus trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dalĩ vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ be, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.” Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Fia Agripa kple nɔvia nyɔnu, Benis ɖi tsa va Festus gbɔ le Kaesarea be yewoakpɔe ɖa. Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festus gblɔ Paulo ƒe nya na fia la be, “Felix gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afi sia hafi meva xɔ eteƒe. Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ. Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume. “Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afi sia la, meyɔ ʋɔnua, eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae. Esi enutsolawo tsi tsitre be woaƒo nu la, wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o, ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku, gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu. Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevie o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã? Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta la, megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.” Agripa gblɔ na Festus be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festus do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.” Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festus na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee. Festus ƒo nu na ƒuƒoƒe la be, “Fia Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa la di be woatso kufia na. Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o. Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobii aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevietɔ wò Fia Agripa, be nàbia gbee, eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu. Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnue le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/26-76c515c7c3d029b03d7e63418cecc959.mp3?version_id=1613,"Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.” Ale Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be, “Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom. “Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem me, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi. Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ. Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa? “Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me. “Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ. Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi. Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’ “Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom?’ “Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã. Makpɔ tawò, eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe asi me. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o dome be nàgblɔ nyanyui la na wo, be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’ “Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã. Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi. Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” Esi Festus se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.” Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. Fia Agripa, menya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?” Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?” Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.” Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple Mɔmefiagã Festus kple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo. Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o. Ale Agripa gblɔ na Festus be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la, anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/27-cc1b38d8c55889b74bd31bc86c19d0cb.mp3?version_id=1613,"Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie. Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí. Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ. Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí. Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu, eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nuto me. Le afi sia la, míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia, eye míeɖoe. Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta. Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto fugo la ŋu ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be “Ʋudzeƒe Nyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu. Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o, elabena ƒea wu enu vɔ, eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea, ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be, “Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ, eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi, eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.” Ke asrafowo, ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la meɖo to Paulo o, ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ. Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe. Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake. Sẽe ko la, yame trɔ zi ɖeka, eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be “anyigbemeɣetoɖoƒeya” la ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi. Ahom la lɔ ʋu la ɖe nu, ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ, eye wòkplɔ mí dzoe. Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be “Kauda” la godo, eye to agbagbadzedze geɖe me la, wote ŋu he tɔdziʋu sue si woti kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la, eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋã alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒuta, eya ta woɖiɖi abalawo, ale ya kɔ mí ɖe nu heyii. Esi ŋu ke, eye ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la, ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me. Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo, eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔli me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ. Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene, ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ɖe miese nye gbe, eye míetsi Kreta la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mia dzi o. Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o. Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be, ‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’ Eya ta nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menya be nu si wògblɔ la ava eme tututu. Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.” Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo, esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu. Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽe la, wogadae eye azɔ la, wokpɔ be anɔ afɔ blaasiekɛ pɛ ko. Ʋua kulawo nya be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la, woda seke ene ɖe ʋua me hedo gbe ɖa na agu ƒe dzedze. Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋu la me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene. Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.” Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi. Le fɔŋli la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kɔsiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.” Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe, eye esi wòdo gbe ɖa, da akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu. Nu sia do ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã, ale be ame sia ame di nane de nu me azɔ. Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade (276). Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamlɛawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o. Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o, elabena afu do, gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ ta me bum be ne yewoate ŋui la ne yewoatrɔ ʋu la ayi afi ma. Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã, eye wodo abala heɖo ta gota. Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋu la si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka, ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam. Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã, ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me, aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o. Ke le esi woƒe amegã, Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota. Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/ACT/28-5ada3d29bb5648daec5afc953aabc6fa.mp3?version_id=1613,"Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo. Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu. Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.” Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o. Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye. Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu. Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me. Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me. Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma. Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu. Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.” Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.” Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o. Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be, “ ‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be, “Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.” Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o, eye miemiã miaƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo, ase nu kple miaƒe towo, ase nu gɔme kple miaƒe dziwo, eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’ “Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [ Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.] Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me. Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/1-857f7b1432c5d72f14dcd0b15712761f.mp3?version_id=1613,"Solomo, David ƒe vi li ke eɖokui sesĩe ɖe eƒe fiaɖuɖu la me elabena Yehowa, eƒe Mawu la li kplii eye wòna eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ. Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo eye Solomo kple ameha blibo la yi vɔsaƒe si le Gibeon. Mawu ƒe agbadɔ si Mose, Yehowa ƒe dɔla tu le gbedzi la nɔ afi ma. Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ. Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma. Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi. Le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Solomo eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!” Solomo ɖo eŋu be, “Oo Mawu, ève fofonye, David nu ŋutɔ eye azɔ la, ètsɔ fiaɖuƒe la nam. Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi! Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?” Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la, matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!” Azɔ la, Solomo dzo le agbadɔ la me, eɖi tso togbɛ la dzi le Gibeon heyi Yerusalem be yeaɖu Israel dzi. Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã. Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. Solomo dɔ sɔsitsalawo ɖe Egipte kple Kue be woaƒle sɔhawo vɛ. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye, klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/2-16fcc9c7b2879f7cd0a44d5e452c1545.mp3?version_id=1613,"Solomo ɖo be yeatu gbedoxɔ na Yehowa ƒe Ŋkɔ kple fiasã na eɖokui. Ehiã agbatsɔla akpe blaadre (70,000), kpekpala akpe blaenyi (80,000) le toawo dzi kple dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) na dɔ sia wɔwɔ. Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be, “Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã. Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi. “Anye gbedoxɔ nyui aɖe elabena míaƒe Mawu la de ŋgɔ, elolo wu mawu bubu ɖe sia ɖe. Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le. “Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla siwo wɔa sika, klosalo, gadzĩ kple gayibɔ ŋu dɔ kple avɔlɔ̃lawo be woawɔ aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzĩ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔ woakpe ɖe dɔwɔla siwo fofonye David tia da ɖi tso Yuda kple Yerusalem la ŋuti. “Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, nàɖo sedatiwo, sesewutiwo kple papawutiwo tso Lebanon ƒe avewo me ɖem elabena ame aɖeke mede wò amewo nu le atitsotso me o. Maɖo nye amewo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu. Mehiã ati sɔ gbɔ elabena gbedoxɔ si tu ge megbɔna la alolo ŋutɔ eye wòanyo wu gbɔgblɔ. Adzɔ si mana wò dɔla siwo nye atidzelawo lae nye wɔ meme tɔn akpe ene alafa ene (4,400) kple lu tɔn akpe ene alafa ene (4,400) hekpe ɖe wain tɔn alafa ene blaene (440) kple amitimi tɔn alafa ene blaene (440) ŋuti.” Tete Tiro fia Hiram ɖo eŋu na Fia Solomo be, “Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu!” Hiram gagblɔ be, “Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si wɔ dziƒo kple anyigba, ame si tsɔ viŋutsu si wòna nunya kple gɔmesesee la na Fia David be wòatu Mawu ƒe gbedoxɔ kple fiasã na eɖokui. “Mele aɖaŋudɔwɔlawo ƒe amegã aɖe, ame si nye Huram Abi, nunyala xɔŋkɔ aɖe la ɖom ɖe wò. Dadaa nye Yuda nyɔnu aɖe tso Dan ƒe viwo dome le Israel eye fofoa tso Tiro afi sia. Enye sikanutula kple klosalonutula nyui aɖe. Egawɔa akɔbli kple gayibɔ hã ŋu dɔ nyuie eye wònya nu sia nu tso kpe ŋu dɔ wɔwɔ, atikpakpa kple avɔlɔlɔ̃ hã ŋu. Enya avɔɖaɖa hã nyuie eye wòtea ŋu ɖaa avɔ aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ kple nyagãdzĩtɔ hã. Gawu la, eganya ale si wòaɖe nɔnɔmetata vovovowo ɖe nuwo dzi eye wòtoa nu yeyewo hã vɛ. Awɔ dɔ kple wò dɔwɔla siwo nye aƒetɔ, Fia David, fofowò, tia da ɖi. “Eya ta ɖo lũ, ƒo, ami kple wain siwo ŋugbe nèdo la ɖe wò dɔla. Ekema míadze kpekpakpa kple atitsotso tso Lebanon towo dzi gɔme, woasɔ gbɔ abe ale si nèdi ene. Míada wo ɖe atigbawo dzi ada ɖe atsiaƒua dzi woava ɖo Yopa, ekema àte ŋu alɔ wo tso afi ma ayi Yerusalem.” Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153,600) kple alafa ade. Etsɔ wo dometɔ akpe blaadre (70,000) wɔ agbatetsɔlawo, ame akpe blaenyi (80,000) wɔ atitsolawo eye wòtsɔ ame akpe etɔ̃ alafa ade (3,600) wɔ dɔdzikpɔlawoe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/3-4e14fa7eb05eece20bb6737ec609fd7f.mp3?version_id=1613,"Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe. Xɔtutu la ŋutɔ dze egɔme le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evelia dzi le Fia Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Gɔmeɖokpe si Solomo ɖo na Mawu ƒe gbedoxɔ la didi mita blaeve-vɔ-adre eye wòkeke mita asieke le nudzidzenu xoxo la nu. Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã. Woklã sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ŋutɔ me, wofa sika nyuitɔ ɖe ʋuƒoawo ŋu eye woɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ɖe sika la me. Etsɔ kpe xɔasi siwo nya kpɔna ŋutɔ la ɖo ɖe gliawo me be woado xɔa me ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Sika la nye sika nyuitɔ tso Parvaim. Wofa sika si me woɖe mawudɔlawo ɖo la ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo, daɖedziwo, ʋɔtruwo kple kpuiawo katã ŋu. Teƒe si woyɔna be Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la le gbedoxɔ la ƒe akpa ɖeka. Eƒe didime nye mita asieke eye eƒe kekeme hã nye mita asieke. Wofa sika si ƒe kpekpeme nye “tɔn” blaeve-vɔ-ɖekɛ la ɖe gliawo ŋu. Sikagatagbadzɛ siwo ŋu dɔ wowɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram alafa atɔ̃ blaadre. Wofa sika ɖe xɔtaxɔawo hã me. Solomo na wowɔ mawudɔla eve, efa sika ɖe wo ŋu eye wòtsɔ wo da ɖe xɔ, emetɔ, si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Kerubiawo ƒe aʋalawo ƒe didime le mita ewo. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita eve kple afã eye wotɔ gbedoxɔ la ƒe gli. Aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la tɔ kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka. Nenema ke kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka, si didi mita eve kple afã la tɔ gbedoxɔ la ƒe gli eye eƒe aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la, tɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala. Kerubi eveawo ƒe aʋalawo didi mita ewo. Wole tsitrenu eye wodze ŋgɔ xɔ gã la. Etsi xɔmetsovɔ si nye aklala si wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka lɔ̃e eye wota mawudɔlawo ɖe eme la ɖe xɔ sia ƒe mɔnu. Sɔti eve le gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ɖe sia ɖe kɔ mita wuiade. Wotsɔ taɖonu si do tso xɔgbagba la te la ɖo ta na sɔtiawo eye ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã. Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la, le sɔtiawo tame eye wòtsi yevuboɖa alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo ŋu. Etu sɔti eve ɖe gbedoxɔ la ŋkume, ɖeka ɖe dziehe gome, evelia ɖe anyiehe gome eye wòna ŋkɔ wo. Woyɔa dziehetɔ be, Yakin eye woyɔa anyiehetɔ be, Boaz." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/4-9d2afa85383b791e1b797dcdf2db6ed0.mp3?version_id=1613,"Fia Solomo wɔ akɔblivɔsamlekpui aɖe; edidi mita asieke, keke mita asieke eye wòkɔ mita ene kple afã. Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene. Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina. Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade. Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ hã le dziehe gome na gazɔ gã la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu dɔ. Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome. Ewɔ kplɔ̃ ewo hã; eda atɔ̃ ɖe gli ŋu le dziehe gome, atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome eye wòwɔ sikatre ewo hã. Ewɔ xɔxɔnu ɖeka na nunɔlawo, bubu na ame mamlɛawo eye wòfa akɔbli ɖe xɔxɔnu sia ƒe gliwo ŋu. Gazɔ gã la nɔ gbedoxɔ la ƒe gotaxɔwo ƒe dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome. Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo de asi nɛ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu. Dɔ siawoe nye sɔti eveawo tutu; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame, yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu. Gagbawo kple woƒe zɔwo, gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le ete; zewo, sofiwo kple gaflowo. Huram Abi, aɖaŋutɔ gã la wɔ nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la. Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome. Akɔbli siwo ŋu dɔ Solomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be, womete ŋu dae o. Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui kple kplɔ̃ siwo dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo. Etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖitiawo kple woƒe akaɖiawoe be woanɔ bibim le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe ale si woɖoe da ɖi ene. Wotsɔ sika wɔ seƒoƒowo eye wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiawo kple ɖovulãnuwo. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖimeɖovulãnuwo, ʋuhlẽgbawo, nuɖugbawo kple dzudzɔdonuwo eye wotsɔ sika wɔ gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, ʋɔtru emetɔ si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu kple ʋɔtru siwo le akpata gã la nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/5-ae653cd34c990c78363fee5f089d02ba.mp3?version_id=1613,"Esi Solomo wu dɔ siwo katã, hlɔ̃awo ƒe tatɔwo wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋu nu la, etsɔ sika kple klosalo kple xɔmenu siwo katã ŋu fofoa, David kɔ la da ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo. Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me. Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me. Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la, eye wotsɔ nubablaɖaka la kple agbadɔ la kple nu kɔkɔewo siwo katã nɔ eme. Nunɔla siwo nye Levitɔwo lae tsɔ wo; eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe. Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te. Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi. Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe. Naneke menɔ nubablaɖaka la me o negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb to la gbɔ, esi Yehowa bla nu kple Israelviwo esi woʋu tso Egipte la ko. Nunɔlaawo doa go le Kɔkɔƒe la me. Nunɔla siwo katã nɔ afi ma la ƒe habɔbɔwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu. Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum. Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be, “Eƒe dɔme nyo; eye eƒe amenuveve li tegbee.” Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, eye nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/6-b90fd0006768d13f85d72dfe677b5d9f.mp3?version_id=1613,"Tete Solomo gblɔ be, “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo do viviti aɖe me; metu gbedoxɔ gã nyui aɖe na wò, afi si nànɔ tegbee.” Tete Fia Solomo trɔ ɖe Israel ƒe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo hegblɔ na wo bena, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si tsɔ eƒe nu gblɔ nya na fofonye David eye wòwɔ ŋugbe si wòdo nɛ la dzi azɔ. Mawu gblɔ na David bena, ‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye amewo tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel ƒe toawo dometɔ aɖeke me be, woatu gbedoxɔ ne nye ŋkɔ nanɔ afi ma o eye nyemetia ame aɖeke be wòanye kplɔla na nye dukɔ, Israel o. Ke azɔ la, metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afi ma eye azɔ la metia David be wòanɔ nye dukɔ, Israel nu.’ ” “Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ. Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me. Ke menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’  “Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu fia ɖe fofonye teƒe eye metu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ. Metsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme eye Nubabla si le Yehowa kple eƒe amewo, Israelviwo dome la, le nubablaɖaka la me.” Tete Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo. Azɔ la ewɔ teƒe kɔkɔ aɖe kple akɔbli; edidi mita eve kple afã, keke mita eve kple afã eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Etsɔe da ɖe xɔxɔnu egodotɔ titina. Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe la dzi, dze klo le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo. Edo gbe ɖa bena, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo. Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene. “Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ be, ‘Wò dzidzimeviwo aɖu fia ɖe Israel dzi tegbetegbe ne woawɔ nye sewo dzi abe ale si nèwɔ ene,’ la dzi. Ke azɔ la, Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David la hã dzi. “Ke, ɖe Mawu anya nɔ anyigba dzi kple amewoa? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo gɔ̃ hã melolo na wò o, ekema nu kae nye gbedoxɔ sia si metu? Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wòle dodom ɖa na wò. Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be wò ŋkɔ anɔ afi ma ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia. Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ẽ, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake. “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wobia tso esi be wòava aka atam le wò vɔsamlekpui sia ŋgɔ be yemewɔ nu vɔ̃ la o la, ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu. “Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la, ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi. “Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la, ekema see le dziƒo eye nàtsɔ wò dɔla siwo nye wò dukɔ Israelviwo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbemɔ nyuitɔ wo eye nàdɔ tsidzadza ɖe anyigba si nètsɔ na wò dukɔ be wòanye eƒe domenyinu la dzi. “Ne dɔ to alo dɔvɔ̃ va anyigba dzi, ne bli hlɔ̃ alo dze heteku, ne ʋetsuviwo alo ʋetrawo va anyigba la dzi alo ne futɔwo va ɖe to ɖe wo le woƒe duwo dometɔ aɖe me, dzɔgbevɔ̃e alo dɔléle ɖe sia ɖe si ava la, ne wò dukɔ, Israel do gbe ɖa alo ƒo koko eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nya eƒe hiãkame kple vevesesewo eye woke woƒe abɔwo me ɖo ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la, ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàwɔ na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu (elabena wò koe nya amewo ƒe dzi me), ale be woavɔ̃ wò eye woazɔ le wò mɔwo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me le anyigba si nèna mía fofowo la dzi. “Amedzro, ame siwo metso wò dukɔ, Israel me o, ke wotso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ si nèdo ɖe dzi ta, eye wodo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la, ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe. “Ne wò amewo yi aʋa wɔ ge kple woƒe futɔwo le wò gbeɖeɖe nu eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe du sia, Yerusalem, esi nètia kple gbedoxɔ sia, si metu na wò gbɔ la, ekema se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo. “Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe wɔa nu vɔ̃e ene eye nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hena woƒe futɔwo ɖu wo dzi, woɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, kpuiƒe alo didiƒe aɖe eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, wotrɔ dzime eye woƒo koko na wò le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ la, ekema ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba si dzi wole aboyome le eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nètsɔ na wo fofowo kple du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ la gbɔ la, ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, kpe ɖe wo ŋu eye nàtsɔ wò ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la ƒe nu vɔ̃wo ake wo. “Ẽ, nye Mawu, na wò ŋkuwo nanɔ ʋuʋu eye nàlé to ɖe gbe siwo katã woado ɖa na wò le teƒe sia la ŋu. “Azɔ la, Yehowa Mawu, tso eye nàge ɖe wò gbɔɖemeƒe sia, afi si woda wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la ɖo. Oo Yehowa Mawu, na wò nunɔlawo nakpɔ ɖeɖe eye wò ame kɔkɔewo nakpɔ dzidzɔ ɖe wò amenuveve ŋu. Oo Yehowa, mègagblem ɖi o eye mègatrɔ wò mo ɖa tso nye, wò amesiamina la gbɔ o. Oo, ɖo ŋku ale si nèlɔ̃ David kple ale si nève enu la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/7-a67958ef23f7c4a988049c1a45d878e5.mp3?version_id=1613,"Esi Solomo wu gbedodoɖa nu la, dzo ge tso dziƒo, fia numevɔsa kple vɔsa la eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me. Nunɔlaawo mete ŋu ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔe fũu. Israel blibo la kpɔ nu sia teƒe eye wotsyɔ mo anyi, kafu Yehowa eye woda akpe nɛ hedo ɣli bena, “Eƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee!” Fia la kple ameawo katã sa vɔwo le Yehowa ŋkume eye Fia Solomo sa vɔ kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple ale kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale fia la kple ameawo katã kɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu. Nunɔlawo nɔ tsitre ɖe woƒe dɔwɔƒewo le esime Levitɔwo nɔ woƒe akpedahawo dzim be, “Eƒe amenuveve li tegbee” kpe ɖe haƒonu siwo Fia David ŋutɔ wɔ eye wòna wowɔa wo ŋu dɔ hena Yehowa kafukafu ŋuti. Esi nunɔlaawo ku kpẽawo la, Israel ƒe ameha blibo la tsi tsitre. Solomo kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si wòwɔ la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple amiawo. Azɔ la, Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Wode ŋkekenyui sia ƒe akpedasɔleme mamlɛtɔ le ŋkeke enyia gbe. Fia Solomo ɖo ameawo ɖe aƒe le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃lia gbe. Ameawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le ale si Yehowa ve David kple Solomo kpakple eƒe dukɔ, Israel nu la ta. Esi Solomo wu Yehowa ƒe gbedoxɔ kple fiasã la tutu kple nu siwo katã wòɖo ɖe ta me be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple eya ŋutɔ ƒe fiasã me nu la, Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã me eye wògblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa eye metia teƒe sia na ɖokuinye be wòanye gbedoxɔ na vɔsawo. “Ne metu dziƒowo nu ale be tsi megale dzadzam o alo meɖe gbe na ʋetsuviwo be woaɖu nu siwo le anyigba dzi alo medɔ dɔvɔ̃ ɖe dukɔ la dome la, ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye mayɔ dɔ woƒe anyigba. Azɔ la, nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu eye nye towo anɔ te ɖe gbe ɖe sia ɖe si woado ɖa le teƒe sia ŋuti. Metia eye mekɔ gbedoxɔ sia ŋuti ale be nye ŋkɔ anɔ afi ma tegbetegbee. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi. “Ke wò la, ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware abe fofowò, David ene eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema makpɔ egbɔ be, wò fiaɖuƒe nali ke abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene hegblɔ nɛ be, ‘Wò ame siwo aɖu fia ɖe Israel dzi la matso o.’ “Ke ne mènɔ yonyeme o, ne ègbe se siwo mena mi dzi la wɔwɔ eye miesubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, mate nye amewo le nye anyigba si metsɔ na wo la dzi eye maɖe gbedoxɔ sia togbɔ be mekɔ eŋuti na ɖokuinye hã. Mana wòazu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku, eye wòabia be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ Woaɖo eŋu be, ‘Elabena ameawo ɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo do goe le Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo eya tae wòhe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo!’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/8-dfbe55d2289cf48d8157f62de0f2df2e.mp3?version_id=1613,"Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple eya ŋutɔ ƒe fiasã la vɔ la, Solomo gbugbɔ kɔƒe siwo Hiram tso nɛ la tu eye wòna Israelviwo yi ɖanɔ wo me. Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi. Etso Tadmɔ du la ɖe gbegbe kple du bubuwo ɖe Hamat abe nudzraɖoƒe duwo ene. Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu. Etu Baalat kple nudzraɖoƒe du bubuwo le ɣeyiɣi sia me, etso du siwo me wòda eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo ɖo eye wòtu xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo. Ame siwo katã susɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o), Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu; hekpe ɖe dziɖuɖu ƒe dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃, ame siwo kpɔa dukɔmenyawo katã dzi la ŋu. Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.” Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi. Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui. Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi. Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã. Wowɔ dɔ siwo katã Solomo de tome be yeawɔ la tso gbe si gbe wòɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe anyi va se ɖe esime wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu. Solomo yi Ezion Geber kple Elat le Edom ƒuta. Hiram ɖo tɔdziʋu siwo eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo nya atsiaƒu ŋu dɔ wɔwɔ nyuie la ku la ɖee. Ame siawo kple Solomo ƒe amewo yi Ofir eye wotsɔ sika kilo akpe wuiatɔ̃ vɛ na Fia Solomo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/9-ee38b4ce0389464410d998b13ce041a0.mp3?version_id=1613,"Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti. Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ. Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku. Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia eye mekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Le nyateƒe me la, womegblɔ ale si wò nunya de ŋgɔe la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ekɔ gbɔ nutsotso siwo mese la ŋu sasasa. Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o! Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.” Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o. Fia Hiram kple Solomo ƒe tɔdziʋukulawo tsɔ sika si tso Ofir kple papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ. Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o. Fia Solomo tsɔ nunana geɖewo na Seba fianyɔnu la eye woƒe home de esi fianyɔnu la nae nu hafi wògatsɔ nu sia nu si fianyɔnu la biae la nɛ. Azɔ la, fianyɔnu la kple eƒe amewo trɔ yi wo de. Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃, ga si asitsalawo tsɔna vɛ nɛ la mele eme o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Arabia fiawo katã kple anyigba la dzi mɔmefiawo tsɔa sika kple klosalo vɛ na Solomo. Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃ (300), ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo eve. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ me le eƒe fiasã la me. Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. Dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o. Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram ƒe dɔlawo tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo. Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. Fiawo tsoa dukɔ ɖe sia ɖe me vana Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika kple awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ. Solomo ɖu fia ɖe fia kple fiaɖuƒe ɖe sia ɖe dzi tso Frat tɔsisi la to yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi heyi keke Egipte ƒe liƒo dzi. Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. Wotsɔa sɔwo tso Egipte kple dukɔ bubuwo me vɛ nɛ. Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me. Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/10-d678565720e2e4c6ffa716d5c5a6db8e.mp3?version_id=1613,"Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu, se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu, yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel katã yi Rehoboam gbɔ eye wogblɔ nɛ bena, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.” Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi miatrɔ agbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo dzo. Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ne ànyo dɔme na ame siawo, awɔ nu siwo wodi eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.” Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm. Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?” Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siwo, gblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ” Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.” Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu. Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me. Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko. Fia Rehoboam dɔ Adoniram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israelviwo ƒu kpee wòku. Ke hã la Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/11-8674006574c3866bdc316211813c9a6e.mp3?version_id=1613,"Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000) nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be, “Yi, nàgblɔ na Yuda fia, Rehoboam, Solomo ƒe vi kple Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo be, ‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’ ” Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o. Rehoboam nɔ Yerusalem eye wòglã Yuda du aɖewo kple gliwo kple agbowo hena eya ŋutɔ ƒe dedinɔnɔ. Du siawoe nye Betlehem, Etam, Tekoa Bet Zur, Soko, Adulam, Gat, Maresa, Zif, Adoraim, Lakis, Azeka, Zora, Aiyalon kple Hebron. Egbugbɔ mɔwo tu sesĩe wu tsã, tsɔ aʋafiawo kple woƒe asrafowo de wo me eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me. Edzra akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖo ɖe du ɖe sia ɖe me hena eƒe amewo ƒe dedinɔnɔ elabena Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo koe nɔ eyome. Nunɔlawo kple Levitɔwo tso woƒe towo me le anyigba blibo la dzi lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi. Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o. Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi. Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le. Nu sia na Yuda fiaɖuƒe la li ke, ale Fia Rehoboam mekpe fu aɖeke le ƒe gbãtɔ etɔ̃awo me o elabena le ƒe mawo me la, woto David kple Solomo ƒe afɔtoƒe. Rehoboam ɖe Mahalat, ame si nye David ƒe vi Yerimɔt kple David nɔviŋutsu Isai ƒe vi, Eliab ƒe vinyɔnu Abihail ƒe vi. Wodzi viŋutsu etɔ̃; woawoe nye Yeus, Semaria kple Zaham. Emegbe la, Rehoboam gaɖe Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu eye wòdzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ. Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi. Rehoboam tɔ asi Maaka ƒe vi, Abiya dzi be wòanye gbãtɔ le fiaviŋutsuawo dome ale be wòaɖu fia ɖe ye yome. Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/12-7d386656ca6f5917a5d48446bc2d45b1.mp3?version_id=1613,"Esime Rehoboam li ke ɖe eƒe fiazikpui dzi eye wòɖo ŋusẽ la, eya kple Israel blibo la gbe nu le Yehowa ƒe se la gbɔ. Esi wometo nyateƒe na Yehowa o ta la, Sisak, Egipte fia, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me kple tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve (1,200), sɔdola akpe blaade (60,000) kple aʋawɔla siwo mele xexlẽ me o. Ame siwo kpe ɖe Fia Sisak ŋu la woe nye, Libiatɔwo, Sukimtɔwo kple Kustɔ siwo tso Egipte. Fia Sisak ɖu Yuda du siwo woglã la katã dzi eye wòɖo Yerusalem. Nyagblɔɖila Semaya wɔ takpekpe kple Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe, ame siwo si va Yerusalem la eye wògblɔ na wo be, “Yehowa gblɔ be, ‘Miegblem ɖi eya ta nye hã megble mi ɖi ɖo eye metsɔ mi de asi na Sisak.’ ” Fia Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo do ɣli ʋu woƒe nu vɔ̃wo me be, “Yehowa tɔ dzɔ be wòwɔ mí alea!” Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o. Ke miadzɔ nu na Sisak ƒe sia ƒe. Ekema miadze sii be, enyo sãa be miasubɔm wu be miasubɔ Sisak!” Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me. Esi fia la bɔbɔ eɖokui la, Yehowa na eƒe dɔmedzoe nu tso eye metsrɔ̃ ameawo keŋkeŋ o. Le Sisak ƒe aʋawɔwɔ kpli wo emegbe gɔ̃ hã la, meda ahe o. Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe. Rehoboam nye fia vɔ̃ɖi aɖe elabena meɖo ta me kura be yeadze Yehowa ŋu o. Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me. Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. Esi Rehoboam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Abiya ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/13-80dc7e8c36f9c6d96a41fa6ca8dcc696.mp3?version_id=1613,"Abiya zu fia le Yuda le Fia Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome. Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000). Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena, “Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa? Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi. Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi. Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o! Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!” Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe. Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume. Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe. Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu. Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi. Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku. Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi. Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/14-f0175b7e08f8ea954d14a7077ec66cf5.mp3?version_id=1613,"Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me. Nu sia na wòte ŋu tso duwo eye wòɖo gli ƒo xlã wo le Yudanyigba la ƒe akpa sia akpa. Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie. Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi (280,000) tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo. Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa. Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu. Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!” Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si. Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ. Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me. Womeha nuwo ɖeɖe ko le duawo me o, ke boŋ wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã eye wokplɔ ale kple kposɔ geɖewo dzoe va Yerusalem." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/15-79a1b553e8e16a4eafa19f60186a3c91.mp3?version_id=1613,"Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome. Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu. Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu vɔ̃ wɔwɔ nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi. Aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le woawo kple dukɔ bubuwo dome eye aʋawɔwɔ ganɔ Israel duwo ɖeɖe hã dome elabena Mawu nɔ fukpekpe ƒomevi vovovowo dam ɖe wo dzi. Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.” Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ. Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii. Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre (700), gbɔ̃ kple alẽ akpe adre (7,000) tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa. Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo. Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o. Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku. Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa hã na gbɔɖeme wo le goawo katã me. Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Ale aʋa aɖeke megadzɔ o va se ɖe Fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃lia me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/16-b1beaae87d90e0b8de07ee1ffe254309.mp3?version_id=1613,"Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adelia me la, Baasa, Israel fia, ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia, Asa, ƒe nuto me alo ado tso eme o. Ale Asa tsɔ klosalo kple sika tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ɖo ɖe Siria fia, Ben Hadad, le Damasko eye wòɖo du ɖee bena, “Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.” Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Wogbã du siawo: Iyɔn, Dan kple Abel Maim kple nudzraɖoƒe duwo katã le Naftali. Esi Baasa se nya si dzɔ ko la, edzudzɔ Rama du la tutu kple eƒe dɔ la. Fia Asa kplɔ Yuda blibo la yi Rama eye wolɔ Fia Baasa ƒe xɔtukpewo kple xɔtutiwo tso afi ma ɖatu Geba kple Mizpa. Nyagblɔɖila Hanani yi Fia Asa gbɔ ɣe ma ɣi eye wògblɔ nɛ be, “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria fia ŋu eye menye ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu o ta la, Siria fia ƒe aʋakɔ si dzo le gbɔwò. Mèɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Kustɔwo kple Libiatɔwo kple woƒe aʋakɔ gã la kple woƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã dzi oa? Èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣe ma ɣi eye wòtsɔ wo katã de asi na wò elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.” Asa do dɔmedzoe ɖe nyagblɔɖila la ŋu le nya si wògblɔ nɛ la ta eye wòdee gaxɔ me. Asa te ameawo katã ɖe anyi ɣe ma ɣi. Woŋlɔ Asa ƒe ŋutinya mamlɛawo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽwo me. Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekelia me la, dɔléle sesẽ aɖe va dze eƒe afɔ dzi. Metsɔ dɔléle sia ɖo Yehowa ŋkume o, ke boŋ eyi atikewɔlawo gbɔ. Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaene-vɔ-ɖekɛlia me eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ. Woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui la me le David ƒe du la me. Wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋĩ vovovo siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ da ɖo la dzi, eye wodo dzo gã aɖe nɛ eteƒe mekɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/17-3ffb8fbc93ed645f0f9cbe6c333ebad5.mp3?version_id=1613,"Yehosafat ɖu fia ɖe fofoa, Asa teƒe eye wòglã eɖokui ɖe Israel fia ŋu. Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me. Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o. Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o. Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ. Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya. Levi ƒe vi asieke kple nunɔla eve kpe ɖe wo ŋu. Levi ƒe viawoe nye Semaya, Netania, Zebadia, Asahel, Semiramɔt, Yehonatan, Adoniya, Tobiya, Tob Adoniya kpakple nunɔlawo Elisama kple Yehoram. Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo. Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o. Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700). Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi. Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me. Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale: tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo (1,000) nunɔlawo nɔ anyi eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) nɔ woƒe aʋafia, Adna te. Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi (280,000) nu. Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) dzi. Aʋawɔla akpe alafa eve (200,000) tso Benyamin ƒe viwo dome; wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te. Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000), ame siwo xɔ hehe nyuie. Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/18-29de0d665a7ea6872a190b4861649591.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, kesinɔnu geɖe ɖo Yehosafat si eye bubu hã nɔ eŋu. Ewɔ ɖeka kple Ahab to via nyɔnuvi ɖeka ɖeɖe me. Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu. Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.” Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.” Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene (400) nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.” Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?” Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.” Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!” Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume. Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.” Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.” Ame si yi ɖayɔ Mikaya la, gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nyanyui aɖe agblɔ.” Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.” Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?” Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!” Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?” Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ” Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.” Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi. Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa. Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ “Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’ “Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’ “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’ “Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.” Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?” Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.” Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas. Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ” Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.” Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead. Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi. Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!” Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti. Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.” Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/19-7a1e9b3aa6c5426d591ca3b4ca61c43b.mp3?version_id=1613,"Esi Yuda fia, Yehosafat, trɔ yi eƒe fiasã me le Yerusalem dedie la, nukpɔla Yehu, Hanani ƒe vi, do go yi ɖakpee eye wòbia fia la be, “Ɖe nàkpe ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu eye nàlɔ̃ ame siwo lé fu Yehowa? Esia ta la, Yehowa ƒe dziku le dziwò. Ke hã la, nu nyui aɖe le mewò elabena èɖe aƒeliwo ɖa le anyigba la dzi eye nètsɔ wò dzi ɖo Mawu didi ŋu.” Le esia ta Yehosafat megayi Israel azɔ o, ke boŋ enɔ Yerusalem. Emegbe la, egado go yi ameawo gbɔ; ezɔ mɔ tso Beerseba yi Efraim ƒe tonyigba dzi be yeado ŋusẽ wo be woasubɔ wo fofowo ƒe Mawu la. Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe du gãwo katã me le anyigba blibo la dzi eye wògblɔ na wo be, “Mizɔ le nyateƒe me elabena menye nyee ɖo mi o, ke boŋ Mawue ɖo mi; anɔ anyi kpli mi eye wòakpe ɖe mia ŋu miatso afia dzɔdzɔe le nya sia nya si woatsɔ vɛ na mi la me. Mikpɔ nyuie be miatso afia bubu tso esi Mawu gblɔ na mi be miatso la gbɔ o elabena mele be afiaŋkunɔtsotso, ameŋkumekpɔkpɔ alo zãnuxɔxɔ nanɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo me o.” Yehosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒewo anyi le Yerusalem hã eye wòda Levitɔwo, nunɔlawo, hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe wo nu. Nu siwo wòɖo na wo be woawɔ la woe nye, “Ele be miawɔ nu sia nu ɣe sia ɣi le mawuvɔvɔ̃ me kple nuteƒewɔdziwo. Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.” Etsɔ nunɔlagã Amaria ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a mawuvɔ̃nyawo nu; etsɔ Zebadia, Ismael ƒe vi, ɖo dziɖula le Yuda be wòakpɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a dukɔmenyawo dzi eye wòna be Levitɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Eƒe nya mamlɛtɔ na woe nye, “Migavɔ̃ le miaƒe tenɔnɔ ɖe nyateƒe la nu kple nuteƒewɔwɔ me o. Yehowa nato mia dzi aʋli fɔmaɖilawo ta.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/20-ca3460866005c6ab7119c6853298d30b.mp3?version_id=1613,"Le esiawo megbe la, Moabtɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe Yehosafat ŋu. Ke Meunitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu. Yehosafat se be, “Aʋakɔ gã aɖe ho aʋa ɖe ŋuwò tso Dzeƒu la godo le Siria gbɔna eye wova ɖo Hazazon Tamar, si wogayɔna hã be En Gedi la xoxo.” Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu. Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa. Yehosafat tsi tsitre ɖe ameawo dome le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu yeye la eye wòdo gbe ɖa bena, “Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò? Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa? Wò amewo tso aƒe ɖe afi sia, wotu gbedoxɔ sia na wò eye woxɔe se be, le ŋɔdziɣi abe esia ene la, ne nukpekeamewo va mía dzi abe aʋawɔwɔ, dɔléle alo dɔwuame ene la, míate ŋu atsi tsitre ɖe afi sia, le gbedoxɔ sia ŋgɔ elabena èle afi sia, le gbedoxɔ sia me, míado ɣli ayɔ wò be nàɖe mí eye míeka ɖe edzi be, àse míaƒe kukuɖeɣliwo eye nàɖe mí. “Azɔ la, kpɔ nu si Amon ƒe viwo, Moabtɔwo kple Seirtɔwo ƒe aʋakɔwo le wɔwɔm ɖa. Mèna mía tɔgbuiwo wɔ aʋa kpli wo esime Israel dzo le Egipte o, ale míeƒo xlã to wo ŋu eye míetsrɔ̃ wo o. Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi. Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.” Esi ame siwo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume kple wo srɔ̃wo kple wo viwo la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka. Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe! Miyi miakpe aʋa kpli wo etsɔ! Miakpɔ wo le Ziz to la kɔgo le balime si yi ɖe Yeruel gbegbe la ƒe nuwuwu! Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ ” Eye Fia Yehosafat mlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo katã hã wɔ nenema henɔ Yehowa subɔm. Eye Levitɔwo tso Kohat kple Korah ƒe hlɔ̃wo me tsi tsitre hekafu Yehowa, Israel ƒe Mawu kple kafukafuha siwo me kɔ eye wodzi ha sesĩe. Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!” Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ, “Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be, eƒe amenuveve li tegbee.” Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo! Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo trɔ ɖe ame siwo wotsɔ be woawɔ aʋa na yewo to Seir to la dzi la ŋu eye wowu wo katã. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu! Ale esi Yuda ƒe aʋakɔ la va ɖo xɔ tsrala si dzi dzɔlawo nɔna kpɔa gbegbe la ɖa gbɔ la, wokpɔ ame kukuwo le anyigba le afi sia afi, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mete ŋu si dzo o. Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo! Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui. Ale Yehosafat nɔ ŋgɔ na ameawo eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ be Yehowa ɖe yewo nukutɔe alea tso yewoƒe futɔwo ƒe asi me. Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me. Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, esi dukɔ siwo ƒo xlã wo se be, Yehowa ŋutɔe wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Mawu ŋu. Ale ŋutifafa nɔ Yehosafat ƒe fiaɖuƒe me elabena eƒe Mawu na dzudzɔe. Fia Yehosafat ƒe nyawo le ale: Ezu Yuda fia esi wòxɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu. Yehosafat nye fia nyui aɖe abe fofoa, Asa ene; edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o eye ameawo hã meɖo ta me be yewoasubɔ wo fofowo ƒe Mawu haɖe o, Woŋlɔ nu sia nu tso Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe ŋutinya si Yehu, Hanani ƒe vi, ŋlɔ wode Israel fiawo Ƒe Ŋutinya me la me. Ke le eƒe agbe ƒe nuwuwu la, Yuda fia Yehosafat wɔ ɖeka kple Israel fia, Ahazia, ame si nye ame vɔ̃ɖi aɖe. Ebla nu kplii be yeatu tɔdziʋuwo le Ezion Geber be woanɔ Tarsis dem. Eliezer si nye Dodavahu ƒe vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi ɖe Yehosafat ŋu be, “Esi nèwɔ ɖeka kple Fia Ahazia ta la, Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔwo me.” Ale tɔdziʋuawo gbã le mɔa dzi eye womete ŋu ɖo Tarsis o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/21-062f9abaac0a4dc121789abbe506cb32.mp3?version_id=1613,"Esi Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe Du la me, eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe. Fofoa ƒe viŋutsu bubuwoe nye Azaria, Yehiel, Zekaria, Azaria, Mikael kple Sefatia. Wo fofo na klosalo, sika kple nu xɔasi geɖewo wo kpe ɖe Yuda du siwo woglã la ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yehoram elabena eyae nye via ŋusu ŋgɔgbetɔ. Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã. Yehoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko. Le Yehoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Gake Edomtɔwo do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã elabena Yehoram trɔ le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu yome. Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo. Nu sia na Nyagblɔɖila Eliya ŋlɔ agbalẽ sia nɛ be, “Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be, esi mèto fofowò Yehosafat alo Fia Asa ƒe afɔtoƒe o, ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la, Yehowa atsrɔ̃ wò dukɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe azɔ. Woatsrɔ̃ wò ŋutɔ, viwòwo, srɔ̃wòwo kple nu siwo katã le asiwò. Dɔléle, aɖe fu na wò dɔkaviwo eye wò dɔmenuwo aƒaƒã.” Ale Yehowa na Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, ame siwo do liƒo kple Kustɔwo la ho aʋa ɖe Yehoram ŋu. Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si. Le esiawo megbe la, Yehowa na dɔléle dze Fia Yehoram ƒe dɔmenuwo dzi. Le ƒe eve megbe la, eƒe dɔkaviwo do go eye wòku le vevesese geɖe me. Womewɔ kɔnu siwo wowɔna na fiawo ne wòku la nɛ o. Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/22-615310a6a4d4c04dfe4741f998364927.mp3?version_id=1613,"Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadae nye Atalia, ame si nye Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. Ahazia hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena dadaa do ŋusẽe be wòanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena Ahab ƒe ƒometɔwo zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe eye woblee de gbegblẽ me. Ahazia zɔ ɖe woƒe aɖaŋu vɔ̃ nu eye wòwɔ ɖeka kple Yoram, Israel fia Ahab ƒe vi, hekpe aʋa kpli Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me. Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta. Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu. Esime Yehu nɔ Ahab ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo wum la, edo go Ahazia ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye Yuda ƒe fiaviŋutsuwo eye wòwu wo. Esi Yehu kple eƒe amewo nɔ Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie. Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe; Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nɔ Yuda ƒe aƒe la me. Ke Yehoseba fia, Yehoram ƒe vinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòkplɔe sii le fiaviŋutsuwo, ame siwo wogbɔna wuwu ge la dome eye wòtsɔ eya kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ gã me. Yehoseba, fia Yehoram ƒe vinyɔnu kple nunɔla Yehoiada srɔ̃, ame si hã nye Ahazia nɔvinyɔnu la ɣla ɖevi la ɖe Atalia be mate ŋu akpɔe awu o. Yoas nɔ bebeƒe kpli wo le Mawu ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade sɔŋ, esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/23-7c0c97afdc03eec293e64ee9b8cc0f5e.mp3?version_id=1613,"Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo (100) ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi. Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la, ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene. Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu, mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu. Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!” Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o. Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me. Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe. Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!” Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma. Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo. Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm. Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o. Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi. Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/24-8f0b467224332d63f8909ee8c8a05fa0.mp3?version_id=1613,"Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibia tso Beerseba. Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me. Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ. Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo. Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o. Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.” Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo. Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu. Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa. Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa. Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe. Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo. Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu. Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) hafi ku. Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la. Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo. Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu. Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o. Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.” Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.” Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko. Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas. Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o. Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab. Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me. Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/25-a2ecc9192aebfde0840c82d1bf1657a2.mp3?version_id=1613,"Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem. Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o! Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.” Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie. Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka (100,000) tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃. Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o. Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.” Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?” Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.” Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ. Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir. Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku. Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo. Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo. Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?” Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.” Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu. Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta. Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene. Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria. Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/26-9881933fd71cc7c0aecd74e100f6d5fd.mp3?version_id=1613,"Yuda blibo la tsɔ Uzia, ame si xɔ ƒe wuiade la ɖo fiae ɖe fofoa, Amazia, teƒe. Le fofoa Amazia ƒe ku megbe la, egbugbɔ Elat du la tu eye wògbugbɔe xɔ na Yuda. Uzia xɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene Le Zekaria ƒe agbenɔɣi la, Uzia dina ɣe sia ɣi be yeadze Mawu ŋu. Zaxarya nye ame si kpɔa ɖeɖefia tɔxɛwo tsoa Mawu gbɔ. Ŋkeke ale si fia la zɔ le Mawu ƒe ɖoɖowo nu ko la, nuwo dze edzi nɛ elabena Mawu yrae. Eho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu eye wòɖu Gat kple Yabne kple Asdod dzi eye wòmu woƒe gliwo ƒu anyi. Etso du yeyewo ɖe Asdod nutomewo kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. Mawu kpe ɖe eŋu, menye le aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le aʋa siwo wòwɔ kple Gur Baal ƒe Arabiatɔwo kple Meunitɔwo hã me. Amonitɔwo dzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo yi keke Egipte ke elabena enye fia ŋusẽtɔ aɖe. Etu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem le Dzigbegbo kple Balimegbo la nu kple afi si gli la glɔ̃ mɔ le eye wòglã wo. Etu mɔwo ɖe Negeb hã eye wòɖe vudo geɖewo elabena lãha geɖewo nɔ esi le balimewo kple gbadzaƒewo. Agbledede doa dzidzɔ nɛ ale agble kple waingble geɖewo nɔ esi, le toawo ŋu kple balime afi si nukuwo nyona le nyuie. Ema eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔglowo me eye wòde amewo wo me abe ale si Yeiel, aʋakɔ la ƒe nuŋlɔla kple eƒe kpeɖeŋutɔ Maaseya, ɖoe da ɖi ene. Aʋafia gã lae nye aʋakplɔla Hananiya. Hlɔ̃wo ƒe tatɔwo akpe eve alafa ade (2,600) nɔ aʋalɔglo siawo nu. Aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa etɔ̃ kple adre kple alafa atɔ̃ (307,500) nɔ aʋakɔ la me. Uzia na akpoxɔnuwo, akplɔwo, gakukuwo, gawuwo, datiwo kple akafomekpewo wo. Ena nunyala aɖe wɔ aʋawɔmɔ aɖewo le Yerusalem, aʋawɔmɔ siawo tea ŋu daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo tso xɔ kɔkɔwo kple xɔwo tame. Ale eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ elabena Yehowa kpe ɖe eŋu nukutɔe va se ɖe esime wòzu fia ŋusẽtɔ gã aɖe. Ke esi ŋusẽ ɖo Uzia ŋu vɔ megbe la, dada si nɔ eme la na wòdze anyi. Meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, ke boŋ ege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ le dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la dzi. Azaria, nunɔla la kple Yehowa ƒe nunɔla dzideƒotɔ blaenyi, bubu kplɔe ɖo ge ɖe eme. Wotɔ gbee gblɔ be, “Medze be wò, Uzia, nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o. Nunɔlawo ƒe dɔe, Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo ŋu wokɔ be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do go le Kɔkɔeƒe la elabena mèwɔ nuteƒe o eye Yehowa Mawu made bubu ŋuwò o.” Uzia, ame si lé dzudzɔdonu ɖe asi eye wònɔ klalo be yeado dzudzɔ la, do dɔmedzoe vevie. Esi wònɔ dziku dom ɖe nunɔlaawo ŋu, le wo ŋkume, le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la ŋgɔ la, kpodɔ dze eƒe ŋgonu zi ɖeka. Esi nunɔlagã Azaria kple nunɔla bubuawo katã nye kɔ kpɔe la, wokpɔ be edze kpodɔ ɖe ŋgonu eya ta wonyae do goe enumake le gbedoxɔ la me. Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ hã tsi dzi na dodo elabena Yehowa ƒoe vevie. Ale Fia Uzia dze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Kpodɔ la nɔ eŋu, woɖee ɖe aga ɖe aƒe aɖe me eye womeɖe mɔ nɛ be wòagava Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Via, Yotam zu fiateƒenɔla le fiasã la me eye wòɖu ame siwo nɔ anyigba la dzi la dzi. Nu bubu siwo dzɔ le Uzia ƒe fiaɖuɣi, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, Nyagblɔdila Yesaya, Amoz ƒe vi ŋlɔ wo katã da ɖi. Uzia ku eye woɖii ɖe abɔ si me woɖia fiawo ɖo la gbɔ elabena ameawo gblɔ be, “Edze kpodɔ.” Ke via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/27-01c99cedf60aff15e1ecbc8beb686529.mp3?version_id=1613,"Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. Yotam Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Ke eya mege ɖe gbedoxɔ la me abe fofoa ene o; ke eƒe amewo ya yi nu gbegblẽ wɔwɔ dzi. Yotam tu Dzigbegbo ɖe gbedoxɔ la ŋu eye wògbugbɔ gli siwo le Ofel toa dzi, afi si gbedoxɔ la le la ƒe akpa gã aɖe tu. Etso duwo ɖe Yuda ƒe tonyigba la dzi eye wòtu mɔwo kple xɔ kɔkɔwo ɖe avewo me le toawo dzi. Yotam wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe fia eye wòɖu edzi. Le ƒe ma me la, Amonitɔwo tsɔ klosalo si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400), lu tɔn akpe eve alafa eve (2,200) kple ƒo tɔn akpe eve alafa eve (2,200) vɛ nɛ. Amonitɔwo tsɔ nu siawo ke vɛ nɛ le ƒe evelia kple etɔ̃lia siaa me. Fia Yotam kpɔ ŋusẽ ŋutɔ elabena ekpɔ egbɔ be yezɔ nyuie le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe mɔ dzi ɣe sia ɣi. Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe aʋawɔwɔwo kple eƒe wɔna bubuwo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyawo me. Le ŋutinya la nu la, Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Esi wòku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Ahaz ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/28-f13bf708342dabf28b78ff9e84f6d00c.mp3?version_id=1613,"Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem, ke mewɔ nu si dzɔ le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o. Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo. Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene. Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ. Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome. Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo. Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve (200,000) eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria. Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o. Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa? Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.” Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi. Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.” Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu. Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria. Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye. Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me. Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o. Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe. Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu. Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me. Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi. Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu. Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/29-efafb47397447526b303c16f53eb65f8.mp3?version_id=1613,"Hezekia dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo. Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la. Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee. Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta. “Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi. Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.” Levitɔwo ƒe vi siwo nɔ afi ma hena subɔsubɔdɔ la woe nye: ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me: Mahat, Amasai ƒe vi; Yoel, Azaria ƒe vi. Ame siwo tso Merari ƒe hlɔ̃ me: Kis, Abdi ƒe vi kple Azaria, Yehalelel ƒe vi. Ame siwo tso Gerson ƒe hlɔ̃ me: Yoas, Zima ƒe vi kple Eden, Yoa ƒe vi. Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me: Yeiel kple Simri. Ame siwo tso Asaf ƒe hlɔ̃ me: Zekaria kple Matania. Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me: Yehiel kple Simei. Ame siwo tso Yedutun ƒe hlɔ̃ me. Semaya kple Uziel. Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene. Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me. Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae. Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu. Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.” Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo. Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi. Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi. Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu. Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi. Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo. Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo. Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu. Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ. Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ. Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ. Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka (100) kple agbovi alafa eve (200). Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa. Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade (600), alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃ (3,000). Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe. Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ. Ale wogadze mawusubɔsubɔ kple vɔwo sasa gɔme le gbedoxɔ la me. Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/30-2c0ee432e9da1c085deec2a0eae7448d.mp3?version_id=1613,"Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o. Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be, “Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu. Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o. Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi. Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.” Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame! Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem. Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene. Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me. Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me. Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe. Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa. Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be, “Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.” Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o. Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe. Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu. Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe. Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o. Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/31-92651f75940d1c01228e5fbad1457b54.mp3?version_id=1613,"Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me. Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ. Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie. Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka. Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo. Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me. Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo. Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?” nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.” Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema. Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ. Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu. Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam. Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa. Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu. Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu. Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me. Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me. Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume. Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/32-64962da22c64f63fd90206ac54c21017.mp3?version_id=1613,"Le nu siwo Hezekia wɔ anukwaretɔe vɔ megbe la, Asiria fia, Senakerib ho va dze Yuda dzi. Eɖe to ɖe du siwo woglã kple susu be, yeaxɔ wo na ye ɖokui. Esi eme kɔ ƒãa be Fia Senakerib ɖo ta me be yeaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu la, Hezekia wɔ takpekpe kple eƒe fiaviŋutsuwo kple eƒe aɖaŋudelawo. Woɖo be yewoaxe vudo siwo le dua godo. Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?” Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo. Eƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu eye wòɖo asrafomegãwo ɖe wo nu, heɖo wo ɖe gbadzaƒe si le dua ŋgɔ. Eƒo nu, de dzi ƒo na wo kple nya siawo be, “Misẽ ŋu, miawɔ kalẽ eye migavɔ̃ Asiria fia la alo eƒe aʋakɔ gã la o elabena ame aɖe le mía dzi si kpɔ ŋusẽ wui sãa! Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.” Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be, “Asiria fia Senakerib le biabiam be: Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo be yewoate ŋu atsi agbe esi meɖe to ɖe Yerusalem dua? Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’ Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa? “Ɖe mienya nu si mía kple fofonyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa? Dukɔ mawo ƒe mawuwo mete ŋu wɔ naneke heɖe woƒe anyigbawo o. Dukɔ siawo ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye asi me? Nu kae na miebu be miaƒe Mawu ya ate ŋu aɖe mi? Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?” Ale ame dɔdɔ la ɖe alɔme le Yehowa Mawu kple Mawu ƒe dɔla Hezekia ŋu eye wòdzu wo. Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.” Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo. Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene! Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma. Ale Yehowa ɖe Fia Hezekia kple Yerusalemtɔwo eye azɔ la, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒe blibo la me. Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem. Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ vevie eye wòɖo kudo nu. Edo gbe ɖa na Yehowa, ame si ɖo gbedodoɖa la ŋu nɛ hena nukudzesi aɖee. Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi. Tete dada si nɔ Hezekia ƒe dzi me la vee eye wòtrɔ dzi me. Yerusalem nɔlawo hã wɔ nenema ke, eya ta Yehowa ƒe dziku la mebi ɖe wo ŋu le Hezekia ƒe ŋkekewo me o. Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo. Etu avawo be yeadzra bli, wain yeye kple ami ɖo ɖe wo me eye wògatu lãkpowo hã. Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe. Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem. Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye. Woŋlɔ Hezekia ŋutinya mamlɛa kple dɔ nyui siwo katã wòwɔ la ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi ƒe agbalẽ kple Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Esi Hezekia ku la, woɖii ɖe fia David ƒe dzidzimeviwo wo ƒe yɔdowo gbɔ le togbɛ la ŋu. Yuda kple Yerusalem blibo la de bubu eŋu le eƒe ku me. Via ŋutsu Manase zu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/33-a7b31ed819b029d508949b1d94bfd234.mp3?version_id=1613,"Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Manase wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome. Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ aƒeliwo. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo. Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le esime Yehowa gblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, “Nye ŋkɔ atsi Yerusalem ŋu tegbetegbe.” Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo. Etsɔa via ŋutsuviwo saa dzovɔe le Ben Hinom ƒe Balime. Ekaa afa, dea nubiaƒe, wɔa adze, dea ŋɔliyɔlawo kple gbɔgbɔwo yɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ. Eda legba aɖe si wòwɔ la ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Mawu ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe! Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na fofowòwo la dzi o, nenye be wolé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.” Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã. Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o eya ta Yehowa dɔ Asiria ƒe aʋakɔ la ɖa, wolé Manase heƒo ga ɖe ŋɔti nɛ. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe eye woɖe aboyoe yi Babilonia. Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ. Yehowa se eƒe kukuɖeɖe eye wòna wògbugbɔ va Yerusalem kple eƒe fiaɖuƒe la. Azɔ hafi Manase dze sii mlɔeba be Yehowa nye Mawu nyateƒe! Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu. Eɖe dzromawuwo ɖa eye nenema ke wòɖe legba la hã ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui siwo katã wòɖi ɖe gbedoxɔa ƒe togbɛ dzi kple le Yerusalem eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe du la godo. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu, ŋutifafavɔ kple akpedavɔ le edzi eye wògblɔ na Yuda be wòasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Ke hã la, ameawo gasaa vɔwo ko le vɔsamlekpui siwo le togbɛawo dzi la dzi gake wosaa vɔ siawo azɔ na Yehowa, woƒe Mawu la. Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Woŋlɔ eƒe gbedodoɖa kple ale si eƒe kokoƒoƒo wɔ dɔ ɖe Mawu dzi kpe ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe nuteƒemawɔmawɔ, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo, afi siwo wòtu aƒeliwo ɖo eye wòli legbawo ɖo hafi bɔbɔ eɖokui la katã de nukpɔlawo ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me. Manase ku, woɖii ɖe eƒe fiasã me eye Amon, Via ŋutsu, ɖu fia ɖe eteƒe. Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve. Amon wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Esubɔ eye wòsa vɔ na legbawo katã abe fofoa ene, ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me. Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/34-e22c40775850c2b11559b6c8a649d17b.mp3?version_id=1613,"Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia, David ƒe afɔtoƒewo. Medze ɖe ɖusime alo miame o. Esi wòxɔ ƒe wuiade le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me la, ede asi tɔgbuia David ƒe Mawu didi me eye le ƒe ene bubu megbe la, ede asi nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me le Yuda kple Yerusalem. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo eye wòho aƒeliwo le nuxeƒeawo. Eya ŋutɔ ɖakpɔ ale si wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui kple ale si womu aƒeli siwo nɔ vɔsamlekpui la tame la ƒu anyi kple ale si wogbã legbawoe eye wotu wɔ heʋuʋu ɖe ame siwo sa vɔ na legba mawo la ƒe yɔdowo dzi la teƒe. Etɔ dzo trɔ̃nuawo ƒe ƒuwo ɖe woawo ŋutɔwo ƒe vɔsamlekpui dzi elabena ebu be nuwɔna sia aɖe legbasubɔsubɔ ƒe nu vɔ̃wo ɖa le Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo ŋuti. Le esia megbe la, eyi Manase, Efraim kple Simeon ƒe duwo me, yi keke Naftali ƒe duwo me ke eye wòwɔ nu mawo ke le teƒe mawo hã. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo gudugudu eye wòmu woƒe aƒeliwo ƒu anyi. Ewɔ nu sia le afi sia afi le Israelnyigba blibo la dzi hafi trɔ yi Yerusalem. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me, esi wòɖe nu vɔ̃wo ɖa le anyigba la dzi kple gbedoxɔ la ŋuti vɔ la, etia Safan, Azalia ƒe viŋutsu kple Maaseya, be woanye mɔmefia le Yerusalem. Etia Yoa, Yoahaz ƒe vi be wòanye dua ƒe gadzikpɔla eye wòadzra Yehowa, eƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ɖo. Eye woyi Nunɔlagã Hilkia gbɔ hetsɔ ga siwo wohe va Mawu ƒe gbedoxɔ me la na. Ga siawo nye ga si Levitɔwo xɔ le gbedoxɔ la ƒe agbowo nu tso ame siwo tso Manase, Efraim kple Israel ƒe akpa bubuawo, Yuda blibo la kple Benyamin kpakple Yerusalemtɔwo si. Ale wotsɔ wo na dɔnunɔla siwo wotia be woakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzadzraɖodɔwo dzi. Ame siawo xea fe na dɔwɔla siwo dzra gbedoxɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo. Hekpe ɖe esia ŋu la, wona ga atikpalawo kple gliɖolawo be woaƒle kpe kpakpawo kple atiwo na xɔ siwo Yuda fiawo gble ɖi eye nuwo gblẽ le wo ŋuti. Dɔwɔlawo tsɔ dzo ɖe dɔ la ŋu nɔ Yahat kple Obadiya, ame siwo nye Levitɔwo tso Merari ƒe hlɔ̃ la me la ƒe dzikpɔkpɔ te. Zekaria kple Mesulam tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me woe nye xɔtudɔdzikpɔlawo. Levitɔ siwo nya saŋkuƒoƒo la, nɔa saŋku ƒom le esime dɔwɔlawo nɔa dɔ dzi. Levitɔ bubuwo kpɔa agbatetsɔla siwo tsɔa xɔtunuwo yina na xɔtulawo la dzi. Ame bubuwo naa kpekpeɖeŋu abe gakɔntabulawo, dɔdzikpɔlawo kple agbatsɔlawo ene. Gbe ɖeka esi nunɔlagã Hilkia nɔ gbedoxɔ me eye wònɔ ga si wodzɔ le agboawo nu dem agbalẽ me la, ekpɔ Segbalẽ aɖe si me woŋlɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na Mose la ɖo! Hilkia gblɔ na Safan, nuŋlɔla la be, “Mefɔ Segbalẽ la le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan. Tete Safan tsɔ agbalẽ la yi na fia la eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo le nu sia nu wɔm le woƒe dɔdeasiwo ŋuti. Wotsɔ ga si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me la de asi na dɔdzikpɔlawo kple dɔwɔlawo.” Safan ƒo nu tso agbalẽ la kple ale si Hilkia fɔe la ŋu eye wòxlẽe na fia la. Esi fia la se nu siwo Se siawo bia tso Mawu ƒe amewo si be woawɔ la, edze eƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Eɖe gbe Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Abdon, Mika ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, “Miyi miabia Yehowa nam kple Israel kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa trɔ eƒe dɔmedzoe kɔ ɖe mía dzi elabena mía fofowo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi o. Womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nu o.” Ale Hilkia kple fia ƒe ame dɔdɔwo yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu nyagblɔɖila sia nye Tokhat ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Hasra si dzi Tokhat nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, ‘Yehowa ƒe gbe enye si: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me si woxlẽ le Yuda fia ƒe ŋkume la, ava eme; Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’ “Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Mawu ƒe ŋkume, esi miese nu siwo wògblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu eye esi miebɔbɔ mia ɖokui le ŋkunye me, miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. Ke fifia la, àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va afi sia kple ame siwo le afi sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la. Ale wotsɔ nya sia tso Yehowa gbɔ yi na fia la. Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple Levitɔwo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le Yehowa ŋkume. Eɖe adzɔgbe na Yehowa be, yeadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yeawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi. Ebia tso ame sia ame si nɔ Yerusalem kple Benyamin si be, woanɔ nubabla sia me kple Mawu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi. Ale Yosia ɖe legbawo katã ɖa le teƒe siwo Israelnyigba katã dzi eye wòbia tso wo katã si be woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me; ameawo yi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la subɔsubɔ dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/35-12f567399f89825f72e859c7e75fc133.mp3?version_id=1613,"Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa le Yerusalem eye wowu Ŋutitotolẽvi la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi. Yosia gbugbɔ nunɔlawo ɖo woƒe dɔwo nu eye wòdo ŋusẽ wo be woagadze woƒe dɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔ la me. Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo. Midzra mia ɖokuiwo ɖo ɖe ƒomewo nu le míaƒe hatsotsowo me ɖe ale si David, Israel fia kple via, Solomo, ŋlɔe da ɖi la nu. “Mitsi tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la kple Levitɔwo ƒe ha aɖe ɖe ƒomewo ƒe ha ɖe sia ɖe nu ɖe mia nɔvi siwo menye nunɔlawo o la nu. Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.” Fia la tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ (30,000) kple nyitsuvi akpe etɔ̃ (3,000) na ameawo be woatsɔ asa Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔwoe. Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade (2,600) kple nyitsu alafa etɔ̃ (300) abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene. Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ (5,000) kple nyitsu alafa atɔ̃ (500) Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa. Esi wowu ɖoɖo ɖe sia ɖe nu vɔ la, nunɔlaawo tsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo eye Levitɔwo nɔ woƒe dɔwɔhawo me abe ale si fia la ɖo na wo ene. Levitɔwo wu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye wotsɔ woƒe ʋu na nunɔlaawo wohlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu, esi Levitɔwo ɖe agbalẽ le lãawo ŋu. Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke. Le esia megbe la, wome Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye woɖa nunana kɔkɔewo le zewo kple agbawo me le Mose ƒe se la nu eye woɖe abla tsɔ wo yi na ameawo be woaɖu. Emegbe la, Levitɔwo ɖa nu na woawo ŋutɔ kple nunɔlaawo, Aron ƒe viwo, elabena wonɔ dɔ dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ henɔ dzo tɔm numevɔsalãwo ƒe ami. Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo. Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene. Israelvi siwo nɔ Yerusalem la kpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me. Le esia megbe la, woɖu Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui ŋkeke adre. Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o. Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia le fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Le esia megbe la, esi Yosia ɖɔ gbedoxɔ la ɖo vɔ la, Egipte fia Neko ho yi be yeawɔ aʋa le Karkemis gbɔ le Frat tɔsisi la to, eye Yosia hã ho yi ɖakpee. Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.” Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o. Futɔwo ƒe aŋutrɔdalawo ŋɔ Fia Yosia kple woƒe aŋutrɔwo eye wode abi eŋu. Yosia do ɣli na eŋumewo be, “Mitsɔm dzoe le aʋagbe la dzi.” Ale woɖee le eƒe tasiaɖam me de tasiaɖam evelia si nɔ esi la me eye wotsɔe yi Yerusalem, afi si wòku le. Woɖii ɖe tɔgbuiawo ƒe ɖiƒe eye Yuda blibo la kple Yerusalem fae. Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me. Woŋlɔ Yosia ƒe nuwɔna kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ kple ale si wòwɔ Yehowa ƒe sewo dzi la ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinya me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/2CH/36-a85fe9e59a568b2b492b612d6972cea8.mp3?version_id=1613,"Anyigba la dzi tɔwo katã tia Yehoahaz, Yosia ƒe vi eye wotsɔe ɖo fiae ɖe Yerusalem ɖe fofoa teƒe. Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòdze fiaɖuɖu gɔme, ke eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Egipte fia ɖe Yehoahaz le fiazikpui la dzi le Yerusalem eye wòɖo nudzɔdzɔ Yuda dzi be wòana klosaloga kilogram akpe etɔ̃, alafa ene (3,400) kple sikaga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene. Egipte fia tsɔ Eliakim, Yehoahaz nɔvi, ɖo fia ɖe Yuda kple Israel nu. Wotrɔ Eliakim ƒe ŋkɔ wòzu Yehoyakim. Ke Neko kplɔ Eliakim nɔvi Yehoahaz yi Egipte. Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Babilonia fia, Nebukadnezar, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ɖu edzi eye wòde kɔsɔkɔsɔ Fia Yehoyakim heɖe aboyoe yi Babilonia. Nebukadnezar lɔ sikatrewo kple nu bubuwo tso gbedoxɔ la me ɖada ɖe eya ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me le Babilonia. Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya kple eƒe wɔna mamlɛawo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe. Yehoyatsin xɔ ƒe enyi ko esi wòɖu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ko. Ewɔ nu vɔ̃ le Mawu ƒe ŋkume o. Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu. Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Zedekia nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume elabena egbe, mezɔ ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ƒe nya si wòse tso Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ la nu o. Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o. Ame vevi siwo katã nɔ dukɔ la me, nunɔlagãwo gɔ̃ hã, subɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe legbawo ale wodo gu Yehowa ƒe gbedoxɔ la le Yerusalem. Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la. Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o. Ekplɔ Babilonia fia ƒu wo, ame si wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le Kɔkɔeƒe la eye meve ɖekakpuiwo loo alo ɖetugbiwo, ametsitsi loo alo amegãɖeɖi nu o. Mawu tsɔ wo katã de asi na Nebukadnezar. Elɔ nu siwo katã le Mawu ƒe gbedoxɔ me, nu suewo kple gãwo siaa kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nu xɔasiwo kple fia ƒe dɔnunɔlawo ƒe nu xɔasiwo katã yi Babilonia. Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma. Ekplɔ ame siwo susɔ, esiwo si le yi nu la yi aboyome le Babilonia eye wova zu subɔlawo na eya ŋutɔ kple via ŋutsuwo va se ɖe esime Persia fiaɖuƒe la xɔ ɖe eteƒe. Anyigba la xɔ eƒe Dzudzɔgbe dzudzɔwo. Edzudzɔ ɣeyiɣi siwo katã wònye aƒedo va se ɖe esime ƒe blaadre de le Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yeremia dzi la nu. Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋa Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi eye wòade gbeƒãɖeɖe sia nuŋɔŋlɔ me be, Nu si Sirus, Persia fia, gblɔe nye, “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dziɖuɖu de asi nam eye wotiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe ame eye wole mia dome la, Yehowa, woƒe Mawu la nanɔ kpli wo eye wòana woadzo ayi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/1-d127be85f82ab1442eacf14e232c3a60.mp3?version_id=1613,"Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me. To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o. Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli. Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o. Ame aɖe va dzɔ si Mawu dɔ ɖo ɖa. Eŋkɔe nye Yohanes. Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase. Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋu. Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me. Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me. Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o. Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ. (Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ”) Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ. Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí. Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?” Megbe o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.” Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliyaa?” Egaɖo eŋu be, “Ao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyee o.” Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.” Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’ ” Farisitɔwo ƒe ame dɔdɔwo hã biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o ɖe, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome, si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.” Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisi la godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me. Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem! Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ be, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’ Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be made mawutsi ta na amewo kple tsi, atsɔ aɖee afia Israel dukɔ la.” Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me, nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu. Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’ Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi, eya ta meɖi ɖase be eyae nye Mawu ƒe Vi la.” Le ŋkeke evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe, eye Yesu va to wo gbɔ yina. Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa hegblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!” Nusrɔ̃la eveawo se nya sia, eye wodze Yesu yome. Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome, eye wòbia wo be, “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu be, “Rabi” (si gɔmee nye “Nufiala”), “afi ka nènɔna?” Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi. Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo). Enumake wòkplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes ƒe vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa” (si gɔmee nye Kpe Gbadza). Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.” Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de. Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel, eye wògblɔ nɛ be, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le Nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoae nye Yosef si tso Nazaret.” Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?” Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.” Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.” Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò.” Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!” Yesu gabiae be, “Ɖe nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia aɖe ame si menye la afia wò. Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/2-b5218be13651a97285b6868f9f287634.mp3?version_id=1613,"Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me. Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, “Wain mele wo si o.” Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.” Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.” Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me. Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema. Egagblɔ na wo be, “Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la.” Wowɔ nenema. Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.” Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se. Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo. Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem. Ekpɔ amewo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔlim na amewo. Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!” Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye.” Azɔ Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be, “Ŋusẽ ka nèkpɔ, be nèwɔ nu siawo, eye dzesi ka nàfia mí?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Yudatɔwo gblɔ be, “Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?” Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã. Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se. Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/3-9cbfa77b34f86fc2ef35165397ed7ede.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eŋkɔe nye Nikodemo la li. Enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla. Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o. Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.” Nikodemo gblɔ be, “Aleke wɔ ametsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagbugbɔe adzii?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo. Le esia ta megawɔ nuku na wò be megblɔ na wò be ele be woagbugbɔ wò adzi o. Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.” Nikodemo gabia Yesu be, “Aleke esia ate ŋu ava emee?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa? Le nyateƒe me la, míeƒoa nu tso nu siwo míenya la ŋu, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o. Esi meƒo nu tso anyigbadzinuwo ŋu, eye mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nàwɔ axɔe se ne meƒo nu tso dziƒonuwo ŋu na wò? Elabena Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi, eye wòagatrɔ ayi dziƒo. Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.” Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be wòaɖe xexea me to edzi. Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o. Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be Kekeli tso dziƒo va xexea me, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu Kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. Gake ame siwo le nyateƒe la dzi wɔm la vaa Kekeli la gbɔ be ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea nyigba dzi, afi si wonɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hede mawutsi ta na amewo. Ke Yohanes hã nɔ mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo nɔ vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo. (Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.) Nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nèdo goe le Yɔdan tɔsisi la godo, ame si ŋuti nèɖi ɖase le hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖewo le egbɔ yim.” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nu si Mawu na ame tso dziƒo la ko wòate ŋu axɔ. Miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi be, ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ ame dɔdɔ menye le eyama ŋgɔ.’ Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta. Ele be nàzu gã, ke nye la, mayi to. “Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o. Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame aɖeke mexɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena o. Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de asi nɛ. Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe anɔ wo dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/4-44597c2171673673f2b5166fca3ebc67.mp3?version_id=1613,"Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu, eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes, togbɔ be menye Yesu ŋutɔe le mawutsi dem ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe. Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea. Enɔ na Yesu be wòato Samaria hafi ayi Galilea. Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la me, si te ɖe anyigba si Yakob na via Yosef la ŋu. Yakob ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. Anɔ gaƒoƒo adelia me. Eteƒe medidi o la, Samaria nyɔnu aɖe va be yeadu tsi. Yesu gblɔ nɛ be, “Àte ŋu ana tsi aɖem manoa?” (Eƒe nusrɔ̃lawo yi kɔƒea me yi nuɖuɖu ƒle ge.) Samaria nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Yudatɔ nènye, eye menye Samariatɔ. Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.) Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, vudo sia goglo, eye tsikunu mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsi la kpɔ ge le? Gawu la, ɖe nède ŋgɔ wu mía fofo Yakob, ame si ɖe vudo la na mí, eye eya ŋutɔ, viawo kple eƒe lãwo no tsi le emea?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame sia ame si no tsi sia la, tsikɔ agawui, gake ame si ano tsi si manae la, tsikɔ magawui o. Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.” Nyɔnu la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem, be tsikɔ magawum ne mava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.” Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi nàyɔ srɔ̃wò vɛ.” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele ye si o. Elabena èɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la, menye srɔ̃wò wònye o.” Esia nye nyateƒe. Nyɔnu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se be Nyagblɔɖilae nènye. Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, xɔ dzinye se be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo le Yerusalem o. Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la, míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ. Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi. Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee.” Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do, eye wòwɔ nuku na wo be Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe, gake wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle dze ɖom kple nyɔnu la ɖo?” o. Nyɔnu la gblẽ eƒe tsize la ɖe vudoa to, eye wòtrɔ yi dua me ɖagblɔ na amewo be, “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?” Ale amewo tso dua me va be yewoakpɔe. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ bena, “Nufiala, va ɖu nu.” Ke Yesu gblɔ na wo be, “Nuɖuɖu le asinye, esi ŋu miawo mienya nu le o.” Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ɖe ame aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ nɛa?” Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu. Menye miawoe gblɔna be, ‘Esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa’? Miwu mo dzi ne miakpɔ agblewo dzi ɖa! Nukuawo tsi na ŋeŋe. Fifia gɔ̃ hã la, ame si ŋea nu la xɔa fetu, eye wòŋea nukuwo hena agbe mavɔ la, be nuƒãla kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ. Esiae wɔe be nya si wogblɔ ɖi be, ‘Ame aɖe ƒãa nu, eye ame bubu va ŋena’ la nye nyateƒe. Nye la, medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o la; ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe.” Samariatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se ɖe nya si nyɔnu la gblɔ na wo be, “Egblɔ nu sia nu si mewɔ kpɔ la nam la ta.” la ta. Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve Le eƒe nyawo ta la, ame geɖewo xɔ edzi se. Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to la be, “Míawo hã míexɔ edzi se, elabena míawo ŋutɔ hã míese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Míenya be ame siae nye xexea me ƒe Ɖela la vavã.” Le ŋkeke eve megbe la, edzo yi Galilea. (Yesu ŋutɔ gblɔ be nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ dedu me o.) Esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe nyuie, elabena wokpɔ nukunu siwo katã wòwɔ le Yerusalem, esi woyi ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le afi ma. Yesu gava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Afi ma wòdo go aʋafia aɖe le. Ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum. Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye. Yesu gblɔ nɛ be, “Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?” Aʋafia la gblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?” Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi aƒe me, elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòtrɔ dzo yina aƒe me. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be via ƒe lãme sẽ. Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ.” Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se. Esiae nye nukunu evelia si Yesu wɔ, esi wòtso Yudea va Galilea." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/5-864da0cd8eb8e5968239861cae39d0c9.mp3?version_id=1613,"Ɣeyiɣi bubu la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe. Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [ Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.] Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?” Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme.” Yesu gblɔ nɛ be, “Tso! Ŋlɔ wò aba ne nàzɔ azɔli!” Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le. Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, “Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe mɔ be nàlé wò aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe hã meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae gblɔ nam be makɔ nye aba.” Wobiae be, “Ame kae nye ame si gblɔ na wò be nàkɔ wò aba?” Ŋutsu la menya ame si Yesu nye o, evɔ la, Yesu hã ge ɖe ameha si nɔ afi ma la dome. Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” Ŋutsu la dzo, eye wòyi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu. Esi Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu le Dzudzɔgbe dzi ta la, Yudatɔwo ti eyome vevie. Yesu gblɔ na wo be, “Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm.” Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la wɔ la, eyae Via hã wɔna. Elabena Fofo la lɔ̃a Via, eye wòfiaa nu sia nu si wòwɔna lae. Ɛ̃, awɔ nuku na mi be Fofo la afia nu gãwo wu esiawoe. Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o. “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe. Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me, eye wòna ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu, elabena eyae nye Amegbetɔ Vi la. “Esia megawɔ nuku na mi o, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi ame kuku siwo le woƒe yɔdowo me la ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye woado go, ame siwo wɔ nu nyui la woafɔ hena agbe mavɔ la me nɔnɔ, ke adrɔ̃ ʋɔnu nu vɔ̃ɖi wɔlawo. “Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna. “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o. Ame bubu aɖe li si ɖia ɖase tso ŋunye, eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋunye nye nyateƒe. “Miawo la, miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye eƒe ɖaseɖiɖi ɖo kpe nyateƒe la dzi. Nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake megblɔe ko be miakpɔ ɖeɖe. Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti. “Nye la, ɖaseɖiɖi si kɔ wu Yohanes la le asinye. Elabena dɔ si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã. Eye Fofo la, ame si dɔm la ŋutɔ ɖi ɖase tso ŋunye. Miese eƒe gbe kpɔ alo kpɔe kpɔ o. Eƒe nya la mele mia me o, elabena miexɔ ame si wòdɔ ɖo ɖa la dzi se o. Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye, gake miegbe be yewomava gbɔnye, ale be mana agbe mavɔ mi o. “Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o, gake menya mi, eye menya be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele miaƒe dziwo me o. Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe. Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o? “Migasusu be matso mia nu na Fofo la o, ke boŋ Mose, ame si dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo da ɖo lae le mia nu tso ge. Ne miexɔ Mose dzi se la, miaxɔ nye hã dzinye ase, elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye. Gake esi miexɔ Mose ƒe nya siwo wòŋlɔ dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/6-13f059eef72dd6c6cb23fe2deeddca62.mp3?version_id=1613,"Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu (si woyɔna hã be Tiberias Ƒu la) yi egodo. Ameha gã aɖe nɔ eyome, elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu. Yesu lia togbɛ aɖe, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma. Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la hã tu aƒe. Esi Yesu fɔ ta dzi hekpɔ ameha gã aɖe wogbɔna va egbɔ la, ebia Filipo be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le ana ameha gã sia woaɖu?” Yesu bia nya sia be yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala. Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Ɣleti ade ƒe fetu gɔ̃ hã mate ŋu aƒle nuɖuɖu wòade na ameha sia o!” Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ be, “Ŋutsuvi aɖe le afi sia si si lubolo sue atɔ̃ kple tɔmelã meme eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?” Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000) la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi. Yesu tsɔ aboloawo, eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã meme eveawo hã ta, eye wòtsɔe na ameawo. Esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie vɔ la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Miƒo abolo wuwlui siwo katã susɔ la nu ƒu be womagaɖi vlo o.” Ale woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu, eye wòyɔ kusi wuieve sɔŋ. Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na le xexe sia me.” Yesu kpɔe dze sii be ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fiae sesẽtɔe, eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la, eye wòdzo le wo gbɔ. Le fiẽ me la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma. Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o, eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wokui ɖo ta Kapernaum. Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me, eye ƒu la dze agbo. Esi woku ʋu la abe agbadroƒe etɔ̃ alo ene ko ene la, wokpɔ Yesu wònɔ tetem ɖe ʋu la ŋuti, enɔ ƒu la dzi zɔm, eye vɔvɔ̃ ɖo wo, ke egblɔ na wo be, “Nyee, migavɔ̃ o.” Wodi be yewoakɔe ade ʋu la me, gake enumake la, ʋu la de tɔkɔ, afi si yim wonɔ la. Esi ŋu ke la, ameha si nɔ tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi la de dzesii be ʋu ɖeka koe nɔ afi ma. Wokpɔ hã be, Yesu meɖo ʋu la kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi. Tete ʋu bubu aɖewo tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le. Esi ameawo kpɔ be Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo menɔ afi ma o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadi Yesu. Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu, eye wobiae be, “Nufiala, ɣe ka ɣi nèva ɖo afi sia?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye ɖe esi miekpɔ nukunuwo ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi etsɔ la ta. Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.” Ameawo biae be, “Nu ka míawɔ be míawɔ dɔ siwo Mawu di?” Yesu ɖo eŋu be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase.” Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ? Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’ ” Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, menye Mosee na abolo tso dziƒo mi o, ke boŋ Fofonyee. Abolo si Mawu na lae nye ame si tso dziƒo va, eye wòna agbe xexea me.” Ameawo gblɔ be, “Aƒetɔ, tso fifia heyi la, na abolo sia mí.” Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o. Gake abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, miekpɔm, gake miexɔ dzinye se o. Ame siwo katã Fofo la tsɔ nam la, woava gbɔnye, eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o. Elabena nyemetso dziƒo va be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu. Eye esiae nye ame si dɔm la ƒe lɔlɔ̃nu be magabu ame siwo wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ be mana woatsi tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.” Azɔ Yudatɔwo de asi liʋĩliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta. Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’ ” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migalĩ liʋĩliʋĩ be megblɔ nya sia o. Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre. Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye. Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ la koe kpɔ Fofo la. “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi! Nyee nye agbebolo la! Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si tso dziƒo hã la, woku. Ke esiae nye abolo si tso dziƒo va, esi ame aɖu, eye maku o. Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta.” Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome ɖe nya si Yesu gblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia atsɔ eƒe ŋutilã na mí be míaɖu?” Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o. Ame si ɖu nye ŋutilã, eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã. Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la nye ame si le menye, eye nye hã mele eme. Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo. Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me.” Yesu gblɔ nya siawo esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se nya sia la, wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Nufiafia sia sesẽ. Ame kae ate ŋu awɔ nu siawo?” Yesu de dzesii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋĩliʋĩ lĩm, eya ta egblɔ na wo be, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua? Ekema miekpɔ Amegbetɔ Vi la wòyina ɖe dziƒo, afi si wòtso va ɖe! Gbɔgbɔ la naa agbe; wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la nye Gbɔgbɔ kple agbe. Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke. Yesu gagblɔ be, “Esia ta megblɔ na mi be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.” Tso esia dzi la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ, eye womegadzea eyome o. Yesu bia nusrɔ̃la wuieveawo be, “Miawo hã, miedi be yewoadzoa?” Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔ míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Míexɔe se, eye mienyae be wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.” Yesu gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake mia dometɔ ɖeka nye Abosam!” (Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt ƒe vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si afia eyomemɔ emegbe la ŋu.)" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/7-9d841d61eedc775bede42998b8eb8eea.mp3?version_id=1613,"Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui. Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la, Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la. Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o, eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàɖe ɖokuiwò afia xexea me.” Nɔviawo gblɔ esia, elabena womexɔ edzi se o. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi. Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi. Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.” Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me. Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi Ŋkekenyui la ɖuƒe. Ke eyi le bebeme. Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe, eye wonɔ eta biam be, “Afi ka ŋutsu ma le?” Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.” Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.” Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me. Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?” Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ. Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo. Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o. Ɖe Mose metsɔ seawo na mi oa? Gake mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o. Ke nu ka ta miedi be yewoawum ɖo?” Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?” Yesu gblɔ na wo be, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa. Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.) Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi? Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.” Yerusalemtɔ aɖewo bia be, “Menye ame si dim wole be yewoawu lae nye esia oa? Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la? Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.” Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o, gake nye la menyae, elabena nye kplie li hafi wòdɔm.” Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o. Ame geɖe siwo nɔ ameha la dome la xɔ edzi se. Wogblɔ be, “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunuwo wu esiwo ame sia wɔa?” Farisitɔwo se nya siwo gblɔm ameha la le tso eŋu. Ale nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa be woayi aɖalée. Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ. Miadim, gake miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyina la o.” Yudatɔwo bia wo nɔewo be, “Afi ka wòle ɖoɖo wɔm be yeadzo ayi, eye míate ŋu akpɔe o? Ɖe wòyina mía nɔvi siwo kaka ɖe Grikitɔwo dome la gbɔ be yeafia nu Grikitɔwoa? Nu ka tututu wòwɔnɛ, esi wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o,’ eye ‘Miate ŋu ava afi si meyi la o.’ ” Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi. Elabena mawunya gblɔ be, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’ ” Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o. Esi ameha la se nya si wògblɔ la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila la.” Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.” Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã? Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?” Ale mama ɖo ameawo dome ɖe Yesu ta. Ame aɖewo di vevie be yewoalée, gake wo dometɔ aɖeke meka asi eŋu o. Mlɔeba la, gbedoxɔŋudzɔlawo trɔ yi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be, “Nu ka ta mielée vɛ o ɖo?” Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.” Farisitɔawo gblɔ na wo be, “Ɖe ŋutsu sia ble miawo hã? Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea? Gbeɖe! Ne ameha gã sia, ame siwo menya naneke tso se la ŋu o lae xɔ edzi se la, fiƒode le ame siawo dzi!” Nikodemo, ame si nye Farisitɔwo dometɔ ɖeka, ame si yi Yesu gbɔ le zã me la bia etɔwo be, “Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me, eye nàkpɔ be Nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!” [Ale takpekpea kaka, eye ame sia ame dzo yi eƒe aƒe me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/8-20772eb24c9614b7c649b21696501ee1.mp3?version_id=1613,"Yesu dzo yi Amito la dzi. Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo. Esi wònɔ nu ƒom la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ, eye wokplɔe da ɖe ameawo ƒe titina, eye wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia asiasii wònɔ ahasi wɔm. Mose ƒe se la gblɔ be, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee wòaku. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?” Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba. Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, egabɔbɔ ta, eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba. Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ. Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnu la be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ aɖeke meƒu kpe wò oa?” Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, Aƒetɔ.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi, la mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.”] Yesu gaƒo nu na ameawo, eye wògblɔ be, “Nyee nye xexea me ƒe Kekeli la. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.” Farisitɔ siwo nɔ afi ma la gblɔ nɛ be “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo menye nyateƒe o.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina. Gake miawo la, mienya afi si metso alo afi si meyina o. Miawo la, miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la, nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o. Gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, elabena menye nye ɖekae li o. Nye kple Fofo si dɔm lae li. Miaƒe se la gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, enye nyateƒe. Nye la, meɖia ɖase tso ɖokuinye ŋu. Fofo si dɔm la hã ɖia ɖase tso ŋunye.” Ameawo biae be, “Afi ka fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, mienya ame si menye o, eya ta mienya Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.” Yesu gblɔ nya siawo, esi wònɔ nu fiam le gbedoxɔ la ƒe teƒe si te ɖe afi si wodaa nunaɖakawo ɖo. Gake ame aɖeke melée o, elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o. Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge. Miadim, gake miakpɔm o. Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Afi si meyina la, miate ŋu ava o.” Esia ta Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle eɖokui wu gea? Esia tae wògblɔ be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava oa?’ ” Yesu gagblɔ na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la, dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o. Esia ta megblɔ na mi be miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Le nyateƒe me la, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.” Ameawo gabiae be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi tso gɔmedzedzea me ke. Nya geɖe le asinye magblɔ tso mia ŋuti, eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta. Ame si dɔm la nye nyateƒetɔ, eye nya siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexea me.” Ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo tso Fofo la ŋuti la gɔme o. Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la. Eya ame si dɔm la li kplim; magblẽm ɖi o, elabena mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu ɣe sia ɣi.” Esi wònɔ nu ƒom la, ame geɖewo xɔ edzi se. Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be, “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo. Mianya nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi. Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo le ƒomea me o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la tegbee. Eya ta ne Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã. Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miedi be yewoawum, elabena miexɔ nye nyawo dzi se o. Nu siwo gblɔm mele na mi la nye esiwo teƒe mekpɔ le Fofonye gbɔ, gake miawo la, miewɔna ɖe nya si mia fofo gblɔ la dzi.” Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ be, “Gbeɖe! Ɖe mienye Abraham ƒe viwo la, ne miawɔ nu si Abraham wɔ. Ke miawo la, miele agbagba dzem be yewoawum, elabena mele nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o. Nu siwo mia fofo wɔ la wɔm miele.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasiviwo míenye o. Fofo ɖeka si le mía si lae nye Mawu ŋutɔ.” Yesu gblɔ na wo be, “Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm. Nu ka ta miele nye nyawo gɔme sem o ɖo? Elabena mieɖoa to nye nyawo o. Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye. Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi la, miexɔa dzinye sena o. Mia dometɔ kae ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ si mewɔ la dzi? Ne mele nyateƒea gblɔm la, nu ka ta miexɔa dzinye sena o ɖo? Ame si nye Mawu tɔ la ɖoa to Mawu ƒe nyawo. Susu si ta mieɖoa to Mawu ƒe nyawo o ɖo lae nye be mienye etɔwo o.” Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Ɖe menye nyateƒe wònye míegblɔ be Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Nye la, medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la, miele vlo domem. Nyemele ɖokuinye dom ɖe dzi o, gake ame aɖe li si le didim be woade bubu ye ŋu, eye eyae nye ʋɔnudrɔ̃la la. Mele nyateƒe la gblɔm na mi be ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.” Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o. Ɖe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Abraham kple nyagblɔɖilawo ku. Ame ka nèbuna be yenye?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, ame si miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem. Togbɔ be mienyae o hã la, nye ya menyae. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Ke nye la, menyae, eye meɖoa to eƒe gbe. Mia fofo Abraham kpɔ dzidzɔ esi wòse be megbɔna, eye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkeke la.” Yudatɔwo gabiae be, “Mèxɔ ƒe blaatɔ̃ gɔ̃ hã haɖe o, eye nèle gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be meli hafi wodzi Abraham.” Esi wògblɔ nya sia la, Yudatɔwo fɔ kpe be yewoaƒui, gake Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le gbedoxɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/9-b1b25bc9242dc507c534eb875e5543ef.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, ame kae wɔ nu vɔ̃, ŋutsu sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃wo tae wodzii ŋkuagbãtɔea? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woe?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye ame sia alo edzilawo ƒe nu vɔ̃ ta ame sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia. Esi ŋu ke la, ele be míawɔ ame si dɔm la ƒe dɔ. Ne zã do la, ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea me ƒe kekeli la.” Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi. Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu. Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?” Ame aɖewo be eyae, eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsu la ŋutɔ gblɔ be, “Nyee.” Ameawo biae be, “Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuwo ʋu?” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be maɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu, eye mede asi nukpɔkpɔ me.” Ameawo gabiae be, “Afi ka ame sia le?” Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.” Ale ameawo kplɔ ŋutsu la yi ɖe Farisitɔwo gbɔe. Ke gbe si gbe Yesu nya anyi tsɔ ʋu ŋku nɛ la nye Dzudzɔgbe ŋkeke. Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.” Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome. Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.” Yudatɔwo mexɔe se be ŋutsu la nye ŋkuagbãtɔ, eye Yesu ʋu eƒe ŋkuwo o va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ. Wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe, aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?” Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mía vie, eye ŋkuagbãtɔe míedzii. Gake míenya ale si wòwɔ hafi le nu kpɔm o, eye míenya ame si ʋu eƒe ŋkuwo nɛ o. Mibia eya ŋutɔ; etsi, ate ŋu aƒo nu, aɖe eɖokui nu.” Edzilawo gblɔ nya sia, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ɖoe be ame si agblɔ be Yesue nye Kristo la la, woanyae le gbedoxɔ la me. Esia ta edzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ ɖo.” Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia, eye wogblɔ nɛ be, “Kafu Mawu boŋ. Míenya be nu vɔ̃ wɔla wònye.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Eɖanye nu vɔ̃ wɔla o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menya lae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!” Ameawo gabiae be, “Nu ka wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ hafi ʋu wò ŋkuwo na wò?” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ nya sia na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka ta miedi be magagblɔe na mi ɖo? Alo ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?” Farisitɔawo de asi ŋutsu la dzudzu me hegblɔ be, “Wò la, ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lae nènye, ke míawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe míenye. Míenya be Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, míenya afi si wòtso hã o.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, gake eyae ʋu nye ŋkuwo nam. Mienya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ eɖoa to mawuvɔ̃la kple ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Ame aɖeke mese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o. Ɖe ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o la, mate ŋu awɔ naneke o.” Wogblɔ na ŋutsu la be, “Wò la, nu vɔ̃ me wodzi wò ɖo. Nu ka ta nèdi be yeafia nu mí ɖo?” Ale wonyae do goe. Yesu se be wonya ŋutsu sia le gbedoxɔ me, eya ta esi wòdo goe la, ebiae be, “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?” Ŋutsu la biae be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam, ne maxɔ edzi ase.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si nèle kpɔkpɔm lae. Le nyateƒe me la, eyae le nu ƒom na wò fifia.” Ŋutsu la gblɔ be, “Aƒetɔ, mexɔe se,” eye wòsubɔe. Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.” Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Ɖe nèle gbɔgblɔm be míawo hã míenye ŋkuagbãtɔwoa?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne mienye ŋkuagbãtɔwo la, womabu fɔ mi be miewɔ nu vɔ̃ o, gake esi miebe yewole nu kpɔm la, miaƒe nu vɔ̃wo anɔ mia dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/10-ea816f30b319617f178876ad10e1861b.mp3?version_id=1613,"“Nyateƒe gblɔm mele na mi be ame si megena ɖe alẽkpo la me to agboa nu o, ke boŋ wòɖatoa afi bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodala wònye. Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. Ne ekplɔ eƒe alẽawo katã do goe la, edzea ŋgɔ na wo, eye wokplɔnɛ ɖo, elabena wonya eƒe gbe. Womadze ame bubu yome o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womede dzesi eƒe gbe o.” Yesu do lo sia na wo, gake womese nya si gblɔm wòle na wo la gɔme o. Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nyee nye agbo na alẽawo, eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawo wonye. Nyee nye agbo la. Ame si to agbo la nu la, akpɔ ɖeɖe. Age ɖe eme, agado aɖaɖu gbe damawo. Fiafitɔ la vana be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye la, meva be woakpɔ agbe si de blibo la. “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔ eƒe agbe na ɖe alẽawo ta. Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe. Apadɔwɔla la sina, elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, eye metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o. “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam, abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema ke nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te. “Fofonye lɔ̃m, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi be magaxɔe. Ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o. Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.” Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo dome. Wo dometɔ geɖewo gblɔ be, “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye wòle tsu kum. Migaɖo toe o.” Ke ame bubuwo gblɔ be, “Ame sia ƒe nyawo medze abe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la tɔ ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa?” Ŋutikɔkɔŋkekenyui la ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔli, eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Solomo ƒe Akpata la me. Yudatɔwo ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Ɣe ka yie nàna míatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye, gake miexɔe se o, elabena menye nye alẽwo mienye o. Nye alẽwo sea nye gbe; menya wo, eye wodzea yonyeme. Mena agbe mavɔ wo, eye womatsrɔ̃ gbeɖe o; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le asinye sesẽtɔe o, elabena Fofonye, ame si tsɔ wo nam la nye gã wu ame sia ame; ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si sesẽtɔe o. Nye kple Fofonye la, ame ɖekae míenye.” Yudatɔwo gafɔ kpewo be yewoaƒui, gake Yesu gblɔ na wo be, “Fofo la na mewɔ nukunuwo na mi. Nu siawo dometɔ ka ta miedi be yewoaƒu kpem ɖo?” Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya la va na, eye womate ŋu ada le mawunya la dzi o, eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexea me ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya, elabena megblɔ be, ‘Menye Mawu ƒe Vi’? Ne menye Fofonye gbɔ nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.” Ameawo gadi be yewoalée, gake edo go dzo le wo gbɔ. Yesu gatrɔ ɖatso Yɔdan tɔsisi la yi egodo, eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le tsã la. Enɔ afi sia, eye ame geɖewo va egbɔ. Ameawo gblɔ be, “Togbɔ be Yohanes mewɔ nukunu aɖeke o hã la, nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ŋutsu sia ŋu la nye nyateƒe.” Ame geɖewo xɔ Yesu dzi se le teƒe sia." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/11-96a8489fbcabd05c84e01bb6b8724e57.mp3?version_id=1613,"Azɔ eva eme be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ. Etso Betania, Maria kple nɔvia Marta ƒe du me. (Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.) Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.” Esi Yesu se nya sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la, woakafu Mawu, eye woakɔ Mawu ƒe Vi la ŋuti.” Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro, gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ. Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina míatrɔ ayi Yudea.” Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm. Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do.” Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.” Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle. Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku, eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.” Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.” Esi Yesu ɖo Betania la, wogblɔ nɛ be Lazaro ku, eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. Betania anɔ abe agbadroƒe eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo. Esi Marta se be Yesu gbɔna la, edo go be yeaɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o. Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o. Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tsitre.” Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe; eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?” Marta ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la.” Esi wògblɔ nya sia la, edzo yi aƒe me, eye wòyɔ nɔvia Maria ɖe kpɔe gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo, eye wòdi be yeakpɔ wò.” Esi Maria se nya sia la, etso enumake yi Yesu gbɔ. Yesu mege ɖe dua me haɖe o, eganɔ afi si Marta va kpee le. Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo. Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu. Ebia be, “Afi ka woɖii ɖo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, va kpɔ!” Yesu fa avi. Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?” Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nu ka ta ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la mena be ame sia meku o ɖo?” Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee. Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.” Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?” Ale womli kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi, eye wògblɔ be, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.” Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!” Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.” Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se. Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo. Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm. Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.” Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o. Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?” Megblɔ esia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka. Tso ema dzi la, wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu. Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ. Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo. Wo dometɔ geɖewo di be yewoakpɔ Yesu, eya ta esi wonɔ tsitre le gbedoxɔa me la, wobia wo nɔewo be, “Alekee nye miaƒe susu? Ele azã la ɖuƒe va gea?” Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/12-7c72ad53549fd973cc02079c77849be3.mp3?version_id=1613,"Esi wòsusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Ami la ƒe ʋeʋẽ xɔ aƒe blibo la me. Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be, “Nu ka ta womedzra amiʋeʋĩ sia hetsɔ ga la na ame dahewo o ɖo?” Eƒe asi wu ƒe ɖeka ƒe fetu. Megblɔ esia ɖe esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ta o, ke boŋ fiafitɔ wònye; eyae kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi, eye wònɔa ga la fim. Tete Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia be yeadzram ɖo ɖi na nye ɖigbe. Ame dahewo anɔ mia dome ɖaa, ke nyemanɔ mia dome ɖaa o.” Esi Yudatɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie be yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ame kukuwo dome la hã. Eya ta nunɔlagãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã, elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dze Yesu yome, eye woxɔ edzi se ɖo. Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana!” “Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!” Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi. Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!” Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ. Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la. Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi yi be yewoaɖakpɔe. Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!” Grikitɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekea la dome. Ame siawo va Filipo, ame si tso Betsaida le Galilea la gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, miedi be miakpɔ Yesu.” Filipo hã ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi ɖagblɔe na Yesu. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de be woakɔ Amegbetɔ Vi la ŋu. Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi. Gake ne eku la, etsea ku geɖe. Ame si lɔ̃ eƒe agbe la, abui, ke ame si gbe nu le eƒe agbe gbɔ le xexe sia me, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la. “Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu. “Azɔ nye dzi le nu xam, ke nya ka magblɔ? Fofo, ɖem le gaƒoƒo sia mea? Gbeɖe, elabena esia ta meva xexea me ɖo. Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋu.” Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” Esi ameha la se gbe sia la, wogblɔ be dziɖegbee; bubuwo gblɔ be mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ. Yesu gblɔ be, “Miawo ta gbe sia ɖi ɖo, menye tanye o. Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la. Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” Egblɔ nya sia be yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yeala. Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o. Mixɔ kekeli la dzi se esi wòle mia gbɔ, be miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome ɖaɣla eɖokui. Togbɔ be Yesu wɔ nukunu siawo le wo dome hã la, womexɔ edzi se o. Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se? Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?” Susu sia ta womexɔ edzi se o ɖo, elabena Yesaya gagblɔ be, “Mawu gbã woƒe ŋkuwo, eye wòna be woƒe dziwo ku atri, be womagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, alo ase nu gɔme kple woƒe dziwo o, alo atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòada gbe le wo ŋu o.” Yesaya gblɔ esia, elabena ekpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eŋu. Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me, elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu. Yesu do ɣli gblɔ be, “Ne ame aɖe xɔ dzinye se la, menye nye ɖeka dzi wòxɔ se o, ke boŋ ame si dɔm la hã. Elabena ne ekpɔm la, ekpɔ ame si dɔm la hã. Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o. “Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me. Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm la ƒe nya siwo katã wògblɔ nam be magblɔ lae. Menya be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Eya ta megblɔa nya si Fofo la gblɔ nam be magblɔ la.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/13-91031a1e13fcc7056284f02b4a3a5162.mp3?version_id=1613,"Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi. Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ. Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.” Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.” Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.” Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi. Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o. Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi. “Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’ “Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.” Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.” Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o. Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.” Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt. Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.” Ke ame siwo le kplɔ̃a ŋu la mese nya si Yesu gblɔ nɛ la gɔme o. Wobu be esi Yuda nye woƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. Esi Yuda ɖu abolo la teti ko la, edzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me. Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi. Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake. “Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o. “Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema. To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.” Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.” Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/14-2ef8f2b52edc7887b0205279f08b3cea.mp3?version_id=1613,"Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma. Mienya afi si meyina la xoxo, eye mienya mɔ la hã.” Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye, eye miekpɔe hã!” Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema míaƒe dzi adze eme.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’ Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye. Mixɔe se ko be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ esia dzi se o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ. Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi. “Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi. Mabia Fofo la, wòaɖo nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi. Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe. Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me. Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.” Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye mí nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ tɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe. “Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi. Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o. “Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum. Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ, ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ wo dzi ase. Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o, gake ele be xexea me nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. “Azɔ, miva mídzo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/15-c1ac8376b58b5ddc11ebb6f57618ebe1.mp3?version_id=1613,"“Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la. Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu. Miawo la, mia ŋu kɔ xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o. “Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o. Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi. Esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene. “Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene, eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ la me. Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go. Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene. Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta. Ne miewɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo. Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi. Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi. Mele se dem na mi be milɔ̃ mia nɔewo. “Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã. Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexea me ta la, wolé fu mi. Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã. Xexe sia me tɔwo ati mia yome, elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia ɖe mia ŋu, elabena womenya ame si dɔm la o. Ɖe nyemeva gblɔ mawunya na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o. Ame si lé fum la lé fu Fofonye hã. Ɖe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o; wokpɔ nukunu geɖe siawo, gake wolé fu nye kple Fofonye. Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu. “Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi ɖase tso ŋutinye. Eye ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/16-1aa587d42ea633854ff1a363e5f24ac5.mp3?version_id=1613,"“Megblɔ nya siawo katã na mi bena miagatra mɔ o. Woaɖe mi le woƒe hame, eye le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe gbɔna la, ne ame aɖe wu mi hã la, asusu be Mawu ƒe dɔ wɔm yele. Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o. Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ. “Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o. Esi megblɔ nya siawo la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa. Gake nyateƒe gblɔm mele na mi be enyo be madzo le mia gbɔ. Ne nyemedzo o la, Nyaxɔɖeakɔla la mava mia gbɔ o; gake ne medzo la, maɖoe ɖe mi. “Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, elabena le nu vɔ̃ ŋuti la, amewo mexɔ dzinye se o. Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o, eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo. “Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o. Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye Nyateƒegbɔgbɔ la va la, ana miase nyateƒe ɖe sia ɖe gɔme. Magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu la o, ke boŋ agblɔ nya siwo wòse la ko, eye wòagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia, elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye. Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee. Esia ta megblɔ be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye ɖo.” Yesu gagblɔ be, “Esusɔ vie miagakpɔm o, eye esusɔ vie miagakpɔm.” Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu gblɔm wòle be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.’ Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’ ‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nya siwo gblɔm wòle la gɔme o.” Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be miafa avi, eye miaxa nu, ke xexea me ya akpɔ dzidzɔ. Miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔkpɔkpɔ. Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me. Nenema ke wòle na miawo hã fifia: Fifia la, miaxa nu, gake magakpɔ mi, eye miakpɔ dzidzɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi. Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo. “Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu. Le ŋkeke mawo me la, miabia nu Fofo la le nye ŋkɔ me. Nyemele gbɔgblɔm be mabia nu Fofo la ɖe mia nu o. Ao, Fofo la ŋutɔ lɔ̃ mi, elabena mielɔ̃m, eye miexɔe se be metso Mawu gbɔ. Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Azɔ la, èle nu ƒom na mí faa, menye le lododowo me o. Azɔ la, míenyae bena ènya nu sia nu, eye megahiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia ta míexɔe se be, Mawu gbɔ nètso va.” Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa? Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim. Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/17-c704323b41c44e7088b41ef534a01154.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò hã naɖe wò ŋutikɔkɔe afia. Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ la. Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase. Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me. Azɔ la, Fofo, ɖe wò ŋutikɔkɔe fiam le wò ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me. “Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi. Azɔ wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa. Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye. Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le. Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene. Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme. “Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me. Megblɔ wò nyawo na wo, eye xexea me lé fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o. Fofo, nyemele biabiam be nàɖe wo le xexea me o, ke boŋ nàkpɔ wo ta tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me. Wometso xexea me o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe. Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexea me. Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo hã ŋu le nyateƒe la me.” “Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o, ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe mawunyagbɔgblɔ me la ta, be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm. Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me, be xexea me nanyae be wòe dɔm, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. Ne mele wo me, eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexea me nanya be wòe dɔm eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. “Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ. “Fofo dzɔdzɔetɔ, togbɔ be xexea me menya wò o hã la, menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be, wòe dɔm. Meɖe ame si nènye la fia wo, eye mayi edzi ana woanya wò, bena lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã manɔ wo me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/18-9067bfb877ca380beeaee235e9b72bc7.mp3?version_id=1613,"Esi Yesu do gbe ɖa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo ɖato Kidron Bali la me. Woyi egodo, eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me. Azɔ Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia, elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi. Ale Yuda va abɔ la me, eye wònɔ ŋgɔ na nunɔlagãwo, Farisitɔwo, asrafowo kple kpovitɔwo. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔ la me afi si Yesu le. Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi la. Eyi wo gbɔ, eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?” Wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” (Eye Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.) Esi Yesu gblɔ be, “Nyee nye esi,” la, ameawo katã zɔ yi megbe, eye wodze anyi. Yesu gabia wo be, “Ame ka dim miele?” Eye wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu gblɔ be, “Megblɔe na mi be nyee nye esi. Nenye nye dim miele la, ekema mina ame siawo nadzo.” Yesu gblɔ nya sia bena wòawu nya si wògblɔ ɖi la nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la dometɔ aɖeke o.” Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, nunɔlagãtɔ la ƒe subɔla. Yesu gblɔ na Petro be, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?” Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae. Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me. Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be anyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta. Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka wodze Yesu yome. Esi nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la sia ta la, woɖe mɔ nɛ wòge ɖe nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu, gake enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia, ame si nunɔlagã la nya la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme. Dɔlanyɔnuvi la bia Petro be, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.” Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum. Nunɔlagã la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o. Nu ka ta miele gbe biamem ɖo? Mibia gbe ame siwo se nye nyawo. Wose nya siwo megblɔ la.” Esi Yesu gblɔ nya sia la, asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ hegblɔ be, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋu na nunɔlagã lae?” Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?” Ale Yesu nɔ babla, eye Anas na wokplɔe yi na Kayafa, nunɔlagã la. Esi Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum la, ame bubu gabiae be, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro gasẽ nu gblɔ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.” Nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro be, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?” Ke Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o, eye enumake, koklo ku atɔ. Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la. Ale Pilato, Roma mɔmefia la ŋutɔ do go va kpe wo, eye wòbia wo be, “Nya ka mietsɔ ɖe ame sia ŋu?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame sia menye hlɔ̃dola o la, míele ekplɔ ge vɛ na wò o.” Pilato gblɔ be, “Mia ŋutɔwo, mikplɔe yii, eye miatsɔ miaƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Yudatɔwo gaɖo eŋu nɛ be, “Ŋusẽ mele mía si be míatso kufia na ame aɖeke o.” Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme. Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, eye wòna wokplɔ Yesu va egbɔe, eye wòbiae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu biae be, “Wò ŋutɔ wò susu nu nèbia nya sia ɖo loo alo ame aɖee gblɔe na wòa?” Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ɖe nye fiaɖuƒe tso xexe sia me la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa ɖe nunye be Yudatɔwo ƒe amegãwo malém o. Nye fiaɖuƒe tso teƒe bubu.” Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.” Pilato biae be, “Nu kae nye nyateƒe la?” Esi Pilato gblɔ nya sia la, egado go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o. Gake enye míaƒe kɔnu be maɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋuti na mi le Ŋutitotoŋkeke la dzi. Miedi be maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋuti na mia?” Ke ameawo do ɣli gblɔ be, “Gbeɖe, menye eya o! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” Baraba sia nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/19-3da2524beee65ac55a4aab016972167f.mp3?version_id=1613,"Ale Pilato na woƒo Yesu kple atam. Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Wodo awu dzĩ nɛ, eye woyi egbɔ zi geɖe, eye woɖu fewu le eŋu gblɔ be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe fia.” Eye woƒo tome nɛ. Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.” Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.” Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.” Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Le míaƒe se nu la, ele be wòaku, elabena egblɔ be Mawu ƒe Vi yenye.” Esi Pilato se nya sia la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã, eye wògage ɖe fiasã la me, eye wòbia Yesu be, “Afi ka nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o. Pilato gblɔ be, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?” Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.” Tso esia dzi la, Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ ɣlidodo dzi gblɔ nɛ be, “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la tsi tsitre ɖe Kaisaro ŋu.” Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata). Enye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la; anye gaƒoƒo adelia me. Pilato gblɔ na Yudatɔwo be, “Miaƒe fia lae nye esi!” Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!” Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.” Mlɔeba la, Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woaklãe ɖe ati ŋuti. Ale asrafoawo kplɔ Yesu dzoe. Wotsɔ eƒe atitsoga la da ɖe abɔta nɛ be wòakɔ, eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe” (si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me). Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le, eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu nɔ woƒe titina. Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, Yesu Nazaretitɔ, Yudatɔwo ƒe Fia. Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe. Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato be, “Mègaŋlɔe be, ‘Yudatɔwo ƒe fia’ o, ke boŋ ŋlɔe be ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe fia.” Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.” Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe.” Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.” Alea asrafoawo wɔ. Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la. Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.” Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee. Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!” Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano. Esi Yesu ɖɔe kpɔ ko la, egblɔ be, “Ewu enu azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu. Azɔ enye Dzadzraɖoŋkeke, eye ŋkeke si kplɔ esia ɖo la anye Dzudzɔgbe ŋkeke tɔxɛ. Yudatɔwo medi be ame kukuawo nanɔ atitsogawo ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, eya ta wobia tso Pilato si be wòana woaŋe woƒe afɔwo be woaku kaba ne woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo. Gake esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. Esia ta asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ, eye ʋu kple tsi do go. Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ɖi ɖase tso eŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Enyae be yegblɔ nyateƒe, be miawo hã miaxɔe ase. Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!” Mawunya bubu gblɔ be, “Woakpɔ ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.” Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia la bia Pilato be wòaɖe asi le Yesu ƒe ŋutilã kukua ŋu na ye. Yosef nye Yesu ƒe adzamenusrɔ̃la, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Pilato ɖe mɔ nɛ, eye wòva kɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua dzoe. Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zã me la hã va kplii, eye wòtsɔ mire kple aloe siwo nye atike ʋeʋĩ tɔxɛ aɖe si ƒe home anɔ abe sidi blaadre-vɔ-atɔ̃ ene vɛ. Wosi ami la nɛ, eye wo kple eve la wotsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖe eme. Wowɔ nu sia ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu. Abɔ aɖe te ɖe afi si woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu ɖo la ŋu, eye yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li. Esi gbe ma gbe nye Yudatɔwo ƒe Dzadzraɖoŋkeke ta la, wokɔ Yesu ɖaɖi ɖe yɔdo sia me, elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/20-39cd5f1ee829d2054445a184389c6df9.mp3?version_id=1613,"Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa. Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!” Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ. Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo. Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o. Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba, kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi. Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã. (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.) Azɔ nusrɔ̃lawo trɔ yi aƒe me. Ke Maria tɔ ɖe yɔdo la to nɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdo la me ɖa, kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde. Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.” Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o. Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.” Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”). Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.” Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo. Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.” Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la. Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.” Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.” Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o. Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.” Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.” Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.” Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!” Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.” Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o. Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JHN/21-fbac8fa61eaced1968bf97091e086b9b.mp3?version_id=1613,"Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias Ƒu la to. Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta. Simɔn Petro gblɔ be, “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o. Le ŋdi me la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta, gake nusrɔ̃lawo menya be Yesue nye ema o. Yesu yɔ wo be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖeke oa?” Woɖo eŋu be, “Ao, míeɖe naneke o.” Egblɔ na wo be, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo, eye miaɖe lã.” Esi woda ɖɔa la, woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu he ɖɔ la o. Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me. Nusrɔ̃la mamlɛawo nɔ ʋu la me dze eyome, eye wohe ɖɔ si yɔ fũu kple lã la, elabena gota medidi tso wo gbɔ o; anɔ abe mita alafa ɖeka ko ene. Esi woɖi go la, wokpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, nɔ lã aɖewo mem, eye abolo hã kpe ɖe eŋu. Yesu gblɔ na wo be, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.” Simɔn Petro ge ɖe ʋu la me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la va gota. Lã gãwo yɔ ɖɔ la fũu eye esi woxlẽ wo la, wonɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ (153) gake ɖɔ la mevuvu o. Yesu gblɔ na wo be, “Miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu biae be, “Ame ka nènye” o. Wonya be Aƒetɔ lae. Yesu va tsɔ abolo la kple lã la na wo. Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome. Esi woɖu nua vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema nyi nye alẽawo.” Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, elɔ̃m vavã?” Petro ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema lé be na nye alẽawo.” Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo. Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.” Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, “Dze yonyeme.” Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na la wòkplɔ wo ɖo. (Nusrɔ̃la siae ziɔ ɖe Yesu ŋu le nuɖuƒe la hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi?”) Esi Petro kpɔe la, ebia be, “Aƒetɔ, ekema ame sia ya ɖe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea? Wò la dze yonyeme.” Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?” Nusrɔ̃la siae ɖi ɖase tso nu siawo ŋuti. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito, eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe. Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/1-9a65b9b666d1169bae7b0b7f43569a6f.mp3?version_id=1613,"Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel. Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene. Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã, eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo. Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe, eye mawu fia si le Aven ƒe Balime, kple ame si le fia ɖum le Bet Eden, eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom. Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo, eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo. Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia, eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawue gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom. Le esia ta matɔ dzo Tiro ƒe gliwo, eye eƒe mɔ sesẽwo abi azu afi.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o. Eya ta matɔ dzo Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo. Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo, eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe. Woƒe fiawo kple amegãwo katã ayi aboyome.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/2-b75fa3ad0635da190b37c349cc383b45.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe. Eya ta mana dzo nava fia Moab, eye wòabi mɔ sesẽ siwo le Keriyɔt. Moab fia ŋutɔ atsrɔ̃ le ʋunyaʋunya me le aʋaɣli kple kpẽwo ƒe ɖiɖi me, eye mawu eƒe fia kple eŋutimewo katã.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae, eya ta mana dzo nava fia Yuda, eye wòafia Yerusalem ƒe mɔ sesẽwo.” “Le Israel ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, “Nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta, eye wòtsɔ ame dahe dzra ɖe atokota dodo ɖeka pɛ ta. Wotea ame dahewo ɖe to, eye wotrɔa gbo nya dzɔdzɔewo na ame gblɔe siwo wote ɖe to. Vɔ̃ɖitɔe nye be, ŋutsu kple via dea ɖetugbi ɖeka gbɔ heƒoa ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la. Woɖoa atsyɔ̃ kple avɔ siwo woxɔ le fenyilawo si le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha siwo woxɔ le woƒe mawuwo ƒe aƒe me. “Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke. Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba. Meɖo mia viŋutsuwo nyagblɔɖilawo kple míaƒe ɖekakpuiwo Mawu ƒe kluwo na Israel; ɖe nàte ŋu agblɔ be esiawo katã mele eme oa? Yehowae gblɔe. Gake miena wain Mawu ƒe kluwo wono. Gawu la, miegbe na nyagblɔɖilawo be womagblɔ nya ɖi o. “Eya ta mate mi ɖe to abe ale si keke si wodo bligba na fũu la yia toe ene. Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o. Aŋutrɔdala manɔ te adae o, asrafo zazɛ̃wo mate ŋu asi o, eye sɔdola nyuitɔ mate ŋu ado sɔ asi le tsɔtsrɔ̃ la nu o. Dzideƒotɔ siwo le kalẽtɔwo dome hã asi amamae gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/3-f4f8c9d8aa2120e3035ab5f76a879bfc.mp3?version_id=1613,"O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa. “Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo, elabena aleke ame eve ate ŋu azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?” Ɖe dzata ɖea gbe le ave me ne melé nu oa? Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me ne mekpɔ lé nu haɖe oa? Ɖe xevi dzona ɖe mɔ dzi le anyigba, ne wometre mɔ nɛ oa? Alo ɖe mɔ fena, ne naneke meɖo eme oa? Ne kpẽ ɖi le du me la, ɖe dua me tɔwo mevɔ̃na oa? Ne dzɔgbevɔ̃e va du aɖe dzi la, ɖe menye Yehowae ɖe mɔ oa? Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o. Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o. Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.” Yehowa be, “Nye dukɔ ŋlɔ nu nyui wɔwɔ be, woƒe aƒe nyuiwo me yɔ kple nu siwo wofi kple nu siwo woda adzoe.” Yehowa Mawu be, “Eya ta futɔ aɖe ava nye avuzi le miaƒe anyigba dzi, agbã miaƒe mɔ sesẽwo, eye wòaha miaƒe fiasãwo.” Ale Yehowa gblɔe nye si, “Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la, nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Misee, eye miagblɔe na Yakob ƒe aƒe la be: Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba. Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/4-f4ab5c23d8793b7b08fc58ab6ac62447.mp3?version_id=1613,"“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano! Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ta eƒe kɔkɔenyenye, be ɣeyiɣi li gbɔna esime yeaɖe mi kple miaƒe dzidzimeviwo kple ƒu. Woakplɔ mi ato gliwo ƒe gbagbãƒee, miakpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖo ɖe Harmon.” Yehowae gblɔe. “Miva Betel ne miawɔ nu vɔ̃. Miyi Gilgal ne miadzi miaƒe nu vɔ̃wo ɖe edzi, mitsɔ vɔsawo vɛ ŋdi sia ŋdi; mitsɔ nu ewoliawo vɛ ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃. Mitsɔ amɔʋaʋãbolo wɔ akpedavɔsae. Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nununana. Migblɔe dadatɔe, elabena nenema mielɔ̃a wɔwɔ. O, Israel!” Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe. “Medɔ dɔwuame ɖe miaƒe duwo me, gake mewɔ naneke le mia ŋuti o, eye miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe. “Ɣleti etɔ̃ hafi miadze miaƒe nukuwo ŋeŋe gɔme la, mena tsidzadza tɔ kplo zi ɖeka, eye miaƒe nukuwo gblẽ. Medɔa tsi wòdzana ɖe du ɖeka dzi, medzana ɖe bubuwo dzi o. Ale ne tsi le dzadzam ɖe agble aɖe dzi la, bubuawo me ƒuna kplakplakpla, eye woƒe nukuawo fiana. Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le, eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe le du bubu me afi si tsi le dzadzam le, gake womekpɔnɛ kuna o. Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe. “Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe. “Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene. Mena mia viwo tsi aʋa, eye menya miaƒe sɔwo de gbe. Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe. “Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene; ame siwo susɔ la le abe atikpo si woɖe tso dzo me la ene, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe. “Eya ta ale mawɔ na wò, O Israel! Esi wònye aleae mawɔ na wò ta la, dzra ɖo nàdo go wò Mawu, O Israel!” Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/5-5260bab93b9062982649244700760486.mp3?version_id=1613,"“O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò: “Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o. Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o, elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be, ‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la, ame alafa ɖeka koe agbɔ, eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la ame ewo koe agbɔ.’ ” Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, “Midim, ne mianɔ agbe. Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.” Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o. O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese, eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba! Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ. Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi, eye wògbãa eƒe gli sesẽwo. Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu, eye miele fu nyateƒetola. Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o. Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ. Menya wo katã nyuie. Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu, eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe, eya ta ame siwo nye nunyalawo la, azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me, elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye. Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe! Ekema Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si miawo ŋutɔ miegblɔ la ene. Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo. Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi. Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me, elabena mava to afi ma akaka agbleawo.” Yehowae gblɔe. Baba na mi, ame siwo tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti. Nu ka ta mietsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo? Ŋkeke ma anye viviti, manye kekeli o. Le ŋkeke ma dzi la, mianɔ abe ame si si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene, eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui. Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti, eye menye kekeli oa? Ɖe menye blukɔe wònye, eye keklẽ mele eme oa? “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo. Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo kple ŋkekenyuiwo ase o. Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la, nyemaxɔ wo o. Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la, nyemanye kɔ akpɔ wo o. Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam! Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene! “O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ? Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawu siwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi, eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.” Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/6-766d0c7ffbe67450b102bd4b4cf5c7bc.mp3?version_id=1613,"Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le. Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa? Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam. Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi. Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene. Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o, eya ta miawoe anye ame gbãtɔ siwo woaɖe aboyoe, eye miaƒe agbe vivi ɖuɖu la nu atso. Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.” Ne ŋutsu ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me hã, wo katã woaku. Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.” Elabena kpɔ ɖa, Yehowa de se be, woagbã aƒe suewo kple gãwo siaa. Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa. Mi ame siwo kpɔ dzidzɔ esi wogbã Lodeba eye miegblɔ be, “Ɖe menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ xɔ Karnaim oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò. Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/7-ae8b38c875a357a1c7847737c3c0f88b.mp3?version_id=1613,"Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe. Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?” Ale Yehowa ɖe asi le susu si wòɖo la ŋuti. Eye Yehowa gblɔ be, “Esia mava eme o.” Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã. Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee? Ale Aƒetɔ Yehowa ɖe asi le susu sia hã ŋuti, Eye wògblɔ nam be, “Esia mava eme o.” Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi. Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o. “Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.” Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o. Amos le gbɔgblɔm be, “ ‘Yeroboam atsi yi nu eye woaɖe aboyo Israel, akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’ ” Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu. Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!” Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye, gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’ Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be, “ ‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o, eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’ “Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/8-3eabe5eaecaaa54fbd6d9703b3f02973.mp3?version_id=1613,"Aƒetɔ Yehowa ɖe kusi aɖe si yɔ fũu kple kutsetse ɖiɖiwo la fiam le ŋutega me. Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.” Egagblɔ be, “Hadzidzi siwo ɖina le gbedoxɔ me la azu avifafa gbe ma gbe. Ame kukuwo akaka ɖe afi sia afi, eye ɖoɖoe azi klẽnee.” Misee ɖa, mi ame siwo baa ame dahewo, heɖoa afɔ hiãtɔwo dzi. Mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge ne míadzra bli, eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge ne míaʋu avawo nu?” Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo anɔ ame bamii. Mi ame siwo doa kluvi ame dahewo ɖe klosaloga ɖeka ta, eye miedzraa hiãtɔwo ɖe afɔkpa dodo ɖeka pɛ ta alo dzraa bli gbegblẽ na wo. Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be, “Nyemaŋlɔ miaƒe nu vɔ̃wo be o! “Le esia ta anyigba adzo nyanyanya, ame sia ame afa konyi, eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene. Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.” Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me. Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.” Aƒetɔ Yehowa be: “Ŋkeke li gbɔna esi dzi maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, menye nuɖuɖu kple tsi ƒe dɔwuame o, ke boŋ Yehowa ƒe nyasese ƒe dɔwuame wòanye. Woatsa tso afii ayi afi mɛ, tso anyiehe ayi ɣedzeƒe, anɔ Yehowa ƒe nya dim be yewoase, gake womakpɔe o. “Gbe ma gbe la, “ɖeɖi ate ɖetugbi dzetugbewo kple ɖekakpui sesẽwo ŋu, eye nu ati kɔ na wo le mawunya ƒe tsikɔ si le wo wum la ta. Ame siwo ta legba si le Samaria, eye wogblɔ be, ‘O Dan, meta wò mawu ƒe agbe alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi, eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/AMO/9-7eea6a8f729edaf23b93a62c95e0aea9.mp3?version_id=1613,"Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be, “Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Mu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi, eye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi. Ame ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o. Ne woƒu du yi keke tsiẽƒe hã la, mava afi ma ahe wo ado goe; eye ne wolia nu yi dziƒo hã la, mayi afi ma ahe wo vɛ. Togbɔ be woasi aɖabe ɖe agakpe siwo le Karmel to tame hã la, madi wo, ake ɖe wo ŋu, ahe wo ado goe le afi ma. Ne wosi ɖabe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke hã la, madɔ ƒumedawo ɖa be woaɖu wo, woaku. Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la, afi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi. “Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃, ke menye na nyui o.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ, eye edzinɔlawo katã fa konyi, ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene, eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene. Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me, eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi, ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi. Yehowae nye eƒe ŋkɔ. Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?” “Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti. Matsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi, negbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,” Yehowae gblɔe. “Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene, ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o. Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.” “Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene, ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo kple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.” Nye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,” “esime nukuxala maxa nuku vɔ hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o, eye wainfiala mafia wain vɔ hafi woagadze waintiwo dodo gɔme o. Aha yeye atsyɔ le towo dzi, eye wòatsa le togbɛwo tame. “Makplɔ Israel agbɔe tso aboyo me, woagbugbɔ woƒe du siwo zu aƒedo la atso, ahanɔ wo me, woade waingblewo, eye woafia aha ano le wo me. Woade agblewo eye woaɖu wo me kutsetsewo. Maɖo Israel ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye womagaho wo kple ke tso anyigba si metsɔ na wo la dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, miaƒe Mawu lae gblɔe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/1-06e3ea0946d43dd91fa87a81d0bcb8e6.mp3?version_id=1613,"Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi, kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome. Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo. Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa. Gbe ɖeka la, dziƒodɔlawo va be woatsɔ wo ɖokui afia Yehowa, eye Satana hã nɔ wo dome. Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?” Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi, menɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le edzi.” Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o; enye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, ŋutsu si vɔ̃a Mawu eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa? Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi. Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.” Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.” Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume. Gbe ɖeka la, esime Hiob ƒe viŋutsuwo kple via nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la, dɔla aɖe va Hiob gbɔ gblɔ nɛ be, “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, tedziawo nɔ gbe ɖum le wo gbɔ lɔƒo, kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!” Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le nya si gblɔm wònɔ me o la, dɔla bubu ge ɖe eme eye wògblɔ be, “Viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me. Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!” Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu, hedo gbe ɖa be, “Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me, eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo. Yehowae na eye Yehowae gaxɔe; woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!” Le esiawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ to fɔbubu Mawu me be ewɔ nu gbegblẽ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/2-52eafd5830a6226ca9c536a6f9d233ee.mp3?version_id=1613,"Gbe bubu gbe la, dziƒodɔlawo va do ɖe Yehowa ŋkume eye Satana hã va do kpli wo ɖe Mawu ƒe ŋkume. Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso va do?” Satana ɖo eŋu be, “Metso tsatsa ge le anyigba dzi eye menɔ yiyim, nɔ gbɔgbɔm le edzi.” Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o, enye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe, ame si vɔ̃a Yehowa eye wòtsri vɔ̃. Togbɔ be ède adã menye ɖe eŋu be magblẽ edome esi mewɔ naneke o hã la, egalé eƒe blibodede la me ɖe asi ko.” Satana ɖo eŋu na Yehowa be, “Ŋutilã ɖe ŋutilã teƒe, ekema ame atsɔ nu sia nu si le esi la katã ana ɖe eƒe agbe ta. Do wò asi ɖa eye nàtu nu kple eƒe ŋutilã kple eƒe ƒuwo, ekema nàkpɔe ɖa be mado ɖiŋu na wò le wò ŋutɔ wò ŋkume o mahã?” Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.” Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume hekplɔ abi vɔ̃ɖi aɖewo ƒu Hiob, tso eƒe afɔgɔme va se ɖe eƒe dzodome. Tete Hiob tsɔ ze kakɛ nɔ ŋuti kum esi wònɔ anyi ɖe afi me. Srɔ̃a va egbɔ biae be, “Ɖe nègalé wò blibodede la me ɖe asi koa? Do ɖiŋu na Mawu ne nàku!” Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o. Esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo, Temanitɔ Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar se dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe Hiob dzi la wodze mɔ tso woƒe aƒewo me le ŋkeke si woɖo ɖi la dzi be woaɖafa nɛ eye woafa akɔ nɛ. Esi wokpɔe le adzɔge la, womete ŋu dze sii o, ale wowo avi gboo kple ɣli, wodze woƒe awu ʋlayawo eye wolɔ ke kɔ ɖe tame. Ale wonɔ anyi ɖe egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre sɔŋ. Ame aɖeke mebia nya aɖekee o elabena wokpɔ ale si wònɔ veve semii." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/3-6ffe791bbdb048f19f0de4a30e5738b1.mp3?version_id=1613,"Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe. Egblɔ be, “Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃, nenema ke nye zã si me wogblɔ be, ‘Wodzi viŋutsu na mí!’ Ŋkeke ma nezu viviti, Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o, kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o. Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi. Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o. Zã ma netsi ko eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o. Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la, neƒo fi de ŋkeke ma, ame siwo le klalo be woade adã ta me na ʋɔ driba la. Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti, kekeli si lalam wòle la megado nɛ o eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o, elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye, be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o. “Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o? Nu ka ta ata aɖewo le klalo be woakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano? Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me, le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme. Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ, ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo. Anye ne mele dziɖula siwo si sika le eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ. Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene, abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o? Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le. Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o. Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me. “Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam? Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim, evɔ mevana na wo o kple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla kple ame siwo kpɔa dzidzɔ, tsoa aseye ne woɖo yɔdo me? Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo? Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene. Nu si mevɔ̃ na la va dzinye eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye. Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o, negbe ʋunyaʋunya ko.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/4-c99d621914910360dc26b76494ea8c5d.mp3?version_id=1613,"Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be, “Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la, ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea? Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti? Bu ale si nèfia nu ame geɖewo kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti. Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te eye nèdo ŋusẽ klo beliwo. Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò, eye dzi ɖe le ƒo wò; eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve. Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa? “Azɔ bu eŋuti kpɔ. Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ? Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ? Abe ale si mede dzesii ene la, ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ. Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na. Dzatawo aɖe gbe, axlɔ̃ sesĩe gake woate ŋu aŋe aɖu na dzataviwo. Dzata kuna ne mekpɔ nu lé o eye dzatanɔwo kakana. “Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame, nye towo see wotsɔe do dalĩ nam. Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe. Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye. Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o. Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me eye mese gbe bɔlɔe aɖe be, ‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua? Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa? Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo, ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me, ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene! Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome, ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o, ale wotsrɔ̃na gbidii. Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be woaku numanyamanyae oa?’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/5-12749416d3f99de90b20187e4d921254.mp3?version_id=1613,"“Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖe gake ame kae atɔ na wò? Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo? Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala. Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe. Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo, wobua fɔe le ʋɔnu eye ame aɖeke meli aʋli eta o. Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa, woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã eye ame siwo wum tsikɔ le la ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu. Elabena fukpekpe medoa go tso ke me alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o. Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la, nenemae wodzi ame na hiãtuame. “Ke nenye nyee wònye la, anye ne maɖe kuku na Mawu atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume. Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o. Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi, eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe. Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi eye wòkɔa ame siwo le nu xam la dana ɖe dziɖeɖi me. Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me, ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o. Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae. Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene. Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me. Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu. “Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o. Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ, ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ. Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o. Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la, aɖe wò le yi ƒe asi me. Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me, eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o. Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o. Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me. Ànyae be wò agbadɔ le dedie eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la, àkpɔe be ɖeke mebu o. Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe gbe mumu le anyigba dzi ene. Ànɔ agbe wòade edeƒe, ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye woxa hebla le nuŋeɣi ene. “Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe. Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/6-a1fd9004994216baa221b087e0d07ffe.mp3?version_id=1613,"Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe woada nye vevesese eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe! Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o. Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye. Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua? Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa? Megbe be nyemaɖui o, nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ. “O, ne ɖe woana nu si mebia lam, ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam, ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe! Ekema esia aganye akɔfafa nam ko kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be, nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o. “Ŋusẽ kae gale asinye be maganɔ mɔ kpɔm? Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi? Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea? Akɔblie nye nye ŋutilãa? Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu, esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea? “Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã. Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana, ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi, ne sno si dza ɖe edzi la lolo hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene. Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba eye wokuna ɖe mɔ dzi. Asiha siwo tso Tema la le tsi dim, asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm. Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu. Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o, miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃. Ɖe megblɔ kpɔ be, ‘Mina nane ɖe nunye, mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me, miɖem le ketɔ la ƒe asi me alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’ “Mifia num eye mazi ɖoɖoe; mifia afi si meda ƒu le lam. Aleke nyateƒenyawo mehe venae o! Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia? Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea? Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue. “Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye, ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea? Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o migbugbɔ bu eŋuti elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me. Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia? Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/7-6da1b359a70a15684b3f2d4926420011.mp3?version_id=1613,"“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa? Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la, nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le kple zã siwo me hiãtuame le la nam. Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli. Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm. “Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee. O Mawu, ɖo ŋku edzi be, nye agbe la, ƒuƒu ko wònye, nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o. Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o, miadim eye nyemanɔ anyi o. Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la, nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o. Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o. “Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me. Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be, nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea? Ne mebu be nye aba afa akɔ nam eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la, ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam. Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia. Menyɔ ŋu nye agbe, nyemanɔ agbe ɖaa o. Ɖe asi le ŋunye, viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o. “Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea, be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe, be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe? Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa? Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla, nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò? Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale? Ɖe mezu agba ɖe dziwòa? Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o? Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me, àdim gake nyemaganɔ anyii o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/8-67737b6f0d3d596e667d652195ee3afe.mp3?version_id=1613,"Tete Suhitɔ, Bildad ɖo nya ŋu na Hiob be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie nànɔ nya siawo gblɔm? Wò nyawo nye yaƒoƒo sesẽ ɖeɖe ko. Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa? Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua? Esi viwòwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu la, etsɔ wo de asi na tohehe si woƒe nu vɔ̃ dze na. Gake ne àkpɔ Mawu dzi ɖa, aƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la, ekema ne èle dzadzɛe, le dzɔdzɔe, fifia gɔ̃ hã la, atso le tawò eye wòagaɖo wò te, ada wò ɖe teƒe si wòle be nànɔ. Wò gɔmedzedze anɔ sue gake emegbe àdzi asɔ gbɔ ɖe edzi. “Bia dzidzime siwo do ŋgɔ, eye nàkpɔe ɖa be nu ka wo fofowo srɔ̃ mahã, elabena míawo la, etsɔviwo míenye, míenya naneke o eye míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔli ko ene. Ɖe womafia nu wò, agblɔe na wò oa? Ɖe womagblɔ nya na wò tso woƒe gɔmesese me oa? Ɖe keti miena, tsina ƒlaluu ɖe teƒe si sii mele oa? Ɖe aƒla awɔ nyuie ne mekpɔ tsi oa? Esi wogale mumu ko eye womeɖo sisi me haɖe o la, woyrɔna kaba wu gbe si le gbedzi. Aleae wòvaa emee na ame siwo katã ŋlɔ Mawu be eye nenemae Mawumavɔ̃lawo ƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃nae. Nu si ŋu wòɖo dzi ɖo la meɖo ŋusẽ o eye nu si wòde mee la nye yiyiɖɔ. Ede me eƒe ɖɔ eye wòlã, eku ɖe eŋu, gake etso ɖe eƒe asi me. Ɖeko wòle abe ati si wode tsii nyuie le ŋdɔgbe ene ekekea eƒe alɔwo ɖe abɔa me, eƒe kewo blana ɖe agakpe geɖewo ŋu eye wodia teƒe le kpewo dome. Gake ne wohoe le enɔƒe la, teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be, ‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’ Vavã eƒe agbe yrɔna eye atiku bubuwo miena ɖe eteƒe. “Enye nyateƒe be Mawu megbea ame si ŋu fɔɖiɖi mele o alo doa ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o. Ke hã la, agana nukoko nayɔ wò nu me fũu, eye wòatsɔ dzidzɔɣli ayɔ wò nuyiwo nu. Ŋukpe alé wò futɔwo eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔwo maganɔ anyi o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/9-496443b1bbc5603272db37ab2b26a770.mp3?version_id=1613,"Hiob ɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Vavã menya be esia nye nyateƒe, gake aleke amegbetɔ kodzogbea anɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkumee? Togbɔ be anye ame ƒe didi be yeahe nya kplii hã la, mate ŋu aɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu nɛ le nya akpe dome o. Eƒe nunya de to, eƒe ŋusẽ keke ta, ame kae tso ɖe eŋu kpɔ gbe abixɔxɔ? Emli towo ɖa gake womenya o eye wòtrɔ wo bu anyi le eƒe dziku me. Eʋuʋu anyigba le enɔƒe eye wòna eƒe sɔtiwo ʋuʋu kpekpekpe. Eƒoa nu na ɣe eye meklẽna o, etsɔa nu xea ɣletiviwo ŋkume ale be womeklẽna o. Eya ɖekae keke dziƒowo me eye wòzɔa ƒutsotsoewo dzi. Eyae wɔ ɣletivi siwo woyɔna be, Avutɔ, Koklovinɔ kple Atifieŋu kple dzieheɣletiviwo. Ewɔ nu dzɔtsu siwo me dzodzro meli o eye wòwɔ nukunu siwo mele xexlẽme o. Ne eva to ŋunye yi la, nyemate ŋu akpɔe o, ne etso eme va yi la, nyemate ŋu adze sii o. Ne exɔ nu le ame si sesẽtɔe la, ame kae ate ŋu aɖo asi edzi? Ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle?’ Mawu meɖoa asi eƒe dziku dzi o, Rahab ƒe aʋakɔwo gɔ̃ hã bɔbɔ ɖe eƒe afɔ te. “Eya ta aleke nye ya mate ŋu aɖe ɖeklemie? Afi ka makpɔ nyawo le atsɔ ahe nya kplii? Togbɔ be nyemedze agɔ o hã la, nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o. Kuku ko mate ŋu aɖe na nye Ʋɔnudrɔ̃la be wòakpɔ nublanui nam. Ne meyɔe eye wòtɔ nam gɔ̃ hã la, nyemebu be aɖo tom o. Atsɔ ahomya agbãm gudugudu eye wòadzi nye abiwo ɖe edzi dzodzro. Maɖe mɔ nam be magakpɔ gbɔdzɔe o, ke boŋ ana vevesese nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye. Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔe wònye! Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la, ame kae akplɔe ayi ʋɔnui? Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm. “Togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, nyemetsɔ ɖeke le eme na ɖokuinye o eye medo vlo nye ŋutɔ nye agbe. Wo katã le ɖeka eya ta megblɔ be, ‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ kple ame vɔ̃ɖi la siaa.’ Ne ameƒoti he ku vɛ kpata la, eɖea alɔme le ame maɖifɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti. Ne anyigba aɖe ge ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe asi me la, ekema etsyɔa nu mo na eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o ɖe, ekema ame kae? “Nye ŋkekewo le du ɖim wu duƒula, wodzo dzo kabakaba dzidzɔ aɖeke manɔmee. Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene eye abe hɔ̃woe de agba anyi be yewoaƒo nu le anyigba ene. Ne megblɔ be, ‘Maŋlɔ nye konyifafa be eye madzudzɔ adãɖoɖo, aɖo nukomo la,’ ekema nye fukpekpewo katã doa ŋɔdzi nam elabena menyae be màbum fɔmaɖilae o. Esi wobum fɔɖilae xoxo ɖe, nu ka tae maganɔ ʋiʋlim dzodzro? Ne mele tsi kple tsiledzalẽ eye metsɔ nunyadzalẽ klɔ asi gɔ̃ hã la, aganyrɔm ɖe anyiʋe me, ale be manyɔ ŋu na nye awuwo gɔ̃ hã. “Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ, be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o. Ne ame aɖe ɖe wòli aƒo nu le mía dome, ada asi ɖe mí ame evea dzi ame si aɖe Mawu ƒe ameƒoti ɖa le ŋutinye, ale be eƒe ŋɔdzi magado vɔvɔ̃ nam o la, ne anyo. Ekema maƒo nu na eya amea mavɔmavɔ̃e, gake abe ale si wòle nam fifia ene la, nyemate ŋui o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/10-c4e9c6568f0a6750aba24b5830e9e388.mp3?version_id=1613,"“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me. Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam. Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to, be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa? Ŋutilãmeŋkue le tawòa? Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ kodzogbea kpɔa nu enea? Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene, be nàtsa adi nye vodadawo, aku nye nu vɔ̃wo gɔme, evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa? “ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem. Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma? Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem. Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia? Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene eye nèna mebla abe notsi babla ene oa? Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo kple lãmekawo ŋuti oa? Èna agbem henyo dɔ me nam eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti. “ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be, Ne mewɔ nu vɔ̃ la, wò ŋkuwo anɔ ŋutinye eye màgbe tohehe nam le nye vodada ta o. Ne meɖi fɔ la, baba nam! Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nyemate ŋu afɔ mo dzi o elabena ŋukpe yɔ menye fũu eye menyrɔ ɖe nye vevesese me. Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye. Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi, ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene. “ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, adzɔ dzi nam ŋutɔ, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o. Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta! Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa? Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe, hafi ayi demagbɔnugbe, ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi, anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/11-c1c829251d5e3718d28517351eac013f.mp3?version_id=1613,"Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be, “Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa? Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa? Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa? Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa? Ègblɔ na Mawu be ‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o eye medza le ŋkuwòme.’ O, aleke medi be Mawu naƒo nu, ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò, ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò elabena mo evee li na nunya. Vavã, nya esia be: Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã. “Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea? Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea? Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ? Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya? Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu. Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la, ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu? Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la, ɖe medzea sii oa? Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la, nenema kee womate ŋu awɔ bometsila hã wòazu nunyala o. “Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo, ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ, ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be wòanɔ wò agbadɔ me o la, ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee, ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o. Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene. Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene. Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li, àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me. Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o; ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò. Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu, bebeƒe abu ɖe wo eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/12-efcc95312a5c58f9526a074af5ee8e98.mp3?version_id=1613,"Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ nuku be miawo koe nye amewo eye ne mieku la nunya aku kpli mi o! Gake susu le asinye abe miawo ke ene. Mienyo wum o. Ame ka menya nu siawo katã o? “Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la, mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo. Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la, mezu alɔmeɖenu na wo! Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔ eye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi. Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa me eye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me. Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawu ɖe woƒe asi me. “Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo, ne woagblɔe na wò. Alo ƒo nu na anyigba, ne wòafia nu wò alo na atsiaƒumelã ne wòaka eta na wò. Nu siawo katã dometɔ kae menyae be, Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o? Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe asi me eye amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ hã le eƒe asi me. Ɖe to medoa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa? Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa? Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa? “Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ; aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ. Nu si wògbã kɔ ɖi la, womagate ŋu agbugbɔ atui o. Ame si wòde gaxɔ me la, womate ŋu aɖe asi le eŋu o. Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina, ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba Etɔe nye ŋusẽ kple dziɖuɖu, ame si woble kple ameblela katã wonye etɔ. Ekplɔa dumegãwo dzonae amama eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo. Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖa eye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo. Ekplɔa nunɔlawo dzonae amama eye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbe ke la emua wo ƒua anyi. Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖo eye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa. Edoa ŋunyɔ bubumewo eye wòxɔa lãnu le kalẽtɔwo si. Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me. Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔ eye eya kee tsrɔ̃a wo. Eyae dzia dukɔwo ɖe edzi eye eya kee kakaa wo. Exɔa susu le anyigbadzifiawo si eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe. Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele o eye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/13-678ca417de8cc05589e47685029f949b.mp3?version_id=1613,"“Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã, nye towo se wo eye wose wo gɔme. Nu si nènya la, nye hã menyae, mède ŋgɔ wum o. Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la eye mahe nya kple Mawu. Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo, mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o! Ne mi katã miahaɖo to ɖe! Le mia gbɔ la, esia anye nunya. Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ, mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo. Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua? Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua? Ɖe miebe yewoade edzia? Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua? Anyo na mi ne edo mi kpɔa? Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea? Le nyateƒe me, aka mo na mi, ne miede edzi le adzame. Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa? Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa? Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko. “Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu, ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ. Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome? Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ. Vavã esia ava zu ɖeɖe nam elabena mawumavɔ̃la aɖeke mate kpɔ be yeado ɖe eŋkume o! Miɖo to miase nye nyawo nyuie, miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele. Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ, menya be tɔnye adzɔ godoo. Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea? Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku. “O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam, eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o. Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam kple wò ŋɔdzinuwo. Ekema yɔm eye matɔ alo maƒo nu eye nàɖo eŋu. Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ? Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam. Nu ka tae nèɣla wò mo eye nèbum wò futɔe? Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua? Ɖe nàti atsa yomea? Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye. Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo, wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu eye nède dzesi nye afɔƒome. “Ale mevɔ le eme abe nu si ƒaƒã alo avɔ si gbagblaʋui ɖu la ene.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/14-7b79b7aadcb8326745c9b62a715b3360.mp3?version_id=1613,"“Amegbetɔ si nyɔnu dzi ƒe agbemeŋkekewo le kpuie eye woyɔ fũu kple fukpekpe. Ekena abe seƒoƒo ene eye wòyrɔna, ele abe vɔvɔli si dzona kaba eye metɔna ɖi o la ene. Ɖe nàke ŋku ɖe esia tɔgbi ŋua? Ɖe nàkplɔe va ʋɔnui le ŋkuwòmea? Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o! Èɖo ame ƒe ŋkekewo ɖi xoxo; èɖo eƒe ɣletiwo da ɖi eye nèɖo liƒo siwo dzi mate ŋu agbɔ o la ɖi nɛ. Eya ta ɖe ŋku ɖa le eŋu eye nàɖe asi le eŋu va se ɖe esime eƒe ɣeyiɣi de abe agbatedɔwɔla ene. “Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã, ne wolãe la, egadzena yeyee eye eƒe alɔ yeyeawo nu matsi o. Eƒe kewo anya do xoxo ɖe tome eye eƒe takpo aku ɖe tome, ke hã la, ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, egadzena eye wòtoa alɔwo abe ati si wodo ene. Gake ne amegbetɔ ya ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyie kpoo nenema; egbɔa eƒe gbɔgbɔ mamlɛa eye meganɔa agbe o. Abe ale si atsiaƒu ɖia ke alo tsi miena le tɔsisi me wòƒuna kplakplakpla ene la, nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o va se ɖe esime dziƒo nu ava yi. Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o. “O, ne ɖe nàɣlam ɖe yɔdo me, atsyɔ nu dzinye va se ɖe esime wò dziku nu va yi ɖe! Alo nàɖo ɣeyiɣi nam eye emegbe nàɖo ŋku dzinye ɖe! Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea? Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã, manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam. Àyɔm eye matɔ, wò dzi alé dzo ɖe nu si wò asiwo wɔ la ŋu. Ekema àxlẽ nye afɔɖeɖewo, ke menye be wò ŋku nanɔ nye nu vɔ̃wo ŋu o. Woatre nye dzidadawo nu ɖe akplo me eye àtsyɔ nu nye nu vɔ̃wo dzi. “Gake abe ale si ke ɖena le to te wòŋena dzea eme eye agakpe ʋãna le eteƒe ene la, abe ale si tsi nyia kpewoe eye tsidzadza kplɔa ke si le anyigba dzonae ene la, nenemae nègblẽa ame ƒe mɔkpɔkpɔ mee. Èdzea edzi kple ŋusẽ zi ɖeka eye ɖe wòvɔnae nye ekema; ètrɔa eƒe dzedzeme henyanɛ dzonae. Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o, ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o. Negbe eya ŋutɔ ƒe veve si sem wòle le ŋutilã me koe eye eya ŋutɔ fana na eɖokui.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/15-27ef928f7b637f98078afce1496684e6.mp3?version_id=1613,"Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be, “Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea? Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea? Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃ eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe. Wò nu vɔ̃e ƒoe ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe. Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o, eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò. “Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa? Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa? Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa? Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa? Nu ka nènya si míawo ya míenya o? Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o? Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi, ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã. Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la, mesɔ agbɔ na wò oa? Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe, wò ŋkuwo le dzo dam, ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me? “Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe? Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o, aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi, esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene! “Ɖo tom ne maɖe nu me na wò; na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò, nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o, ame siwo ko wotsɔ anyigba la na, esi amedzro aɖeke meto wo dome o. Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le eƒe agbemeŋkekewo katã me, nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe siwo katã woɖo ɖi nɛ la me. Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la, adzohawo va dzea edzi. Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o elabena wotsɔe de asi na yi. Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe. Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene. Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu, helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe. “Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ eye wòlolo ɖe ali gbɔ hã la, anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me, xɔ siwo gbã zu glikpo. Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o. Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe. Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o elabena ɖeke maɖe vi nɛ o. Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o. Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene. Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo. Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/16-1e8e9a1f17a2118bd9895362fcae063e.mp3?version_id=1613,"Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Mese nya siawo tɔgbi wòsɔ gbɔ, akɔfala gbɔlowo ko mi katã mienye! Miaƒe nuƒo legbe, gɔdɔ̃gɔdɔ̃awo mawu nu akpɔ oa? Nu kae le mia vem be miegale nyahehe dzi kokoko? Nenye miawoe le tenyeƒe la, nye hã maƒo nu abe miawo ke ene, agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu. Maƒo nu ade dzi ƒo na mi eye akɔfanya siwo ado tso nunye la ana miaƒe dzi adze eme. “Gake ne meƒo nu la, nye vevesesewo dzi maka ɖe kpɔtɔ o eye ne medzudzɔ hã la, veveseseawo medzona o. O Mawu, vavãe èna mevɔ le eme keŋkeŋ eye nètsrɔ̃ nye aƒekɔ la katã. Èna meɖi ku, vɔ keŋ eye wòzu ɖaseɖiɖi, nye kuɖiɖi tsi tsitre hezu ɖasefo ɖe ŋunye. Yehowa ƒom, hevuvum le eƒe dziku me eye wòɖu aɖukli ɖe ŋunye, nye ketɔ fɔ ŋku ɖaɖɛwo ɖe dzinye. Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye. Woƒo tome nam fewuɖutɔe eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye. Mawu dem asi na ame vɔ̃ɖiwo eye wòkɔm ƒu gbe ɖe ŋutasẽlawo ƒe fego me. Nuwo nɔ edzi dzem nam nyuie gake ekakam. Elé kɔʋume nam hegbãm gudugudugudu. Etsɔm wɔ ade si minyam wòle, eƒe aŋutrɔdalawo ɖe to ɖem. Eŋɔ nye ayikuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye wòna nye vevego gbã hekɔ ɖe anyigba. Eva ƒo ɖe dzinye enuenu eye wòlũ ɖe dzinye abe kalẽtɔ ene. “Metɔ akpanya hetsyɔ na nye ŋutilã eye metsɔ nye mo de ke me. Avifafa na nye mo biã dzẽe, vɔvɔli ƒo xlã nye ŋkuwo, evɔ nye asiwo mewɔ nu tovo aɖeke o eye nye gbedodoɖa hã dza hafi. “O, anyigba, mègatsyɔ nye ʋu dzi o eye ɖoɖoe megazi le nye ɣlidodo nu o! Azɔ gɔ̃ hã la, nye ɖasefo le dziƒo eye nye nyaxɔɖeakɔla le afi ma. Tanyeʋlila nye xɔ̃nye, esi nye ŋkuwo le aɖatsi ɖuɖum na Mawu. Eɖea kuku na Mawu ɖe ame ta abe ale si ame ɖea kuku ɖe xɔlɔ̃a tae ene. “Ƒe ʋɛ aɖewo koe ava yi hafi madze mɔ ayi demagbɔnugbe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/17-1328af9e72804bfe11a0c3c3eddcc1eb.mp3?version_id=1613,"Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli, nye ŋkekewo hã le kpuie eye yɔdo le lalayem. Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm, ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu. “O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam. Ame kae gali si ade megbe nam? Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o. Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la, viawo ƒe ŋkuwo atsi. “Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame, ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã. Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene. Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta; dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti. Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi. “Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ! Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o. Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã. Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke, ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be, ‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’ Ne aƒe si ko mele mɔ kpɔm na la nye yɔdo, ne meɖo aba ɖe viviti me, ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’ eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’ alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la, ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le? Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea? Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/18-240f3e2aaf75c08cdf329df6af4a4832.mp3?version_id=1613,"Tete Suhitɔ, Bildad ɖo eŋu na Hiob be, Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu. Nu ka ŋuti wobu mí movitɔwoe eye wobu mí bometsilawoe le wò ŋkume? Wò ame si vuvu ɖokuiwò kɔ ɖi le wò dziku me, ɖe wòle be woagblẽ anyigba ɖi ɖe tawò alo woaɖe agakpewo ɖa le wò teƒea? “Wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi eye eƒe dzo megabina o. Kekeli si le eƒe agbadɔ me la doa viviti eye akaɖi si le eƒe axadzi la hã tsina. Megatea ŋu ɖea abla o eye eya ŋutɔ ƒe nuɖoɖowo ƒunɛ anyi. Eƒe afɔ ɖoa ɖɔ me eye wòƒoa dablibɛ le ɖɔkawo me. Mɔ léa afɔkpodzi nɛ eye mɔ̃ka blanɛ sesĩe. Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me. Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo. Dzɔgbevɔ̃e tsi dzi vevie be yeadzɔ ɖe edzi eye gbegblẽ le klalo be yeava edzi ne edze anyi. Eɖu eƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo eye ku ƒe ŋgɔgbevi vuvu eƒe ŋutinuwo Woɖee ɖa le eƒe agbadɔ si nye eƒe sitsoƒe la me eye wokplɔe yina na ŋɔdziwo ƒe fia. Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe. Eƒe kewo yrɔna le ete ke eye eƒe aŋgbawo yrɔna le eƒe tame. Woŋlɔnɛ be le anyigba dzi eye eƒe ŋkɔ buna le amewo dome. Wonyanɛ tso kekeli nu yina ɖe viviti me eye woɖenɛ ɖa le xexea me. Vi alo dzidzimevi menɔa esi le eƒe amewo dome o eye ame aɖeke metsia agbe le teƒe si wònɔ va yi o. Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo. Vavãe, aleae ame vɔ̃ɖi ƒe nɔƒe nɔna, aleae ame si menya Mawu o la ƒe nɔƒe nɔna.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/19-a3235e15cb1320d321f5a01a7b94b900.mp3?version_id=1613,"Hiob ɖo eŋu be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm? Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe. Nenye nyateƒee be metra mɔ la, vodada sia nye nye ɖeka ko ƒe nya. Nenye vavãe miebe yewoakɔ mia ɖokuiwo ɖe dzi agbɔ tanye, ahazã vlo si wodom la aɖia nunyee la, ekema minyae be Mawu dze agɔ le dzinye eye wòtsɔ eƒe ɖɔ ƒo xlãm. “Togbɔ be mefa avi sesĩe be, ‘Wodze agɔ le dzinye!’ hã la, ame aɖeke metɔ nam o eye togbɔ be medo ɣli be woaxɔ nam hã la, wometso nam o. Exe nye mɔ be nyemate ŋu ato edzi ayi o, etsɔ viviti tsyɔ nye toƒewo. Eklo bubu le ŋunye eye wòɖe fiakuku le tanye. Evuvum kɔ ɖi le akpa sia akpa va se ɖe esime medzo, ale wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene. Eƒe dziku bi ɖe ŋunye eye wòbum ɖe eƒe ketɔwo dome. Eƒe aʋakɔwo lũ ɖe eme kple ŋusẽ, woƒu kpo ɖe ŋunye eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye agbadɔ ŋu godoo va kpe. “Eɖe nɔvinye ŋutsuwo ɖa le ŋunye eye wòklã nye kple xɔ̃nyewo dome keŋkeŋkeŋ. Nye ƒometɔwo dzo le gbɔnye eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be. Ame siwo va dze gbɔnye kple nye nyɔnudɔlawo bum amedzroe eye mezu du bubu me tɔ le wo ŋkume. Meyɔ nye dɔla gake metɔ o togbɔ be metsɔ nye nu ɖe kuku nɛ hafi. Nye nu me le ʋeʋẽm ɖe nye ŋutɔ srɔ̃nye eye mele ŋu nyɔm na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo. Ŋutsuvi suewo gɔ̃ hã koam eye ne meva do la, woɖua fewu le ŋunye. Mele ŋu nyɔm na xɔ̃nye veviwo katã eye ame siwo melɔ̃ la, tso ɖe ŋutinye. Mezu ŋutilã kple ƒu ɖeɖe, eye meɖo kudo nu. “Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo, mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom. Nu ka ta mieti yonyeme abe ale si Mawu ti yonyemee ene? Nye ŋutilã si mieɖu la mesɔ gbɔ na mi oa? “O nenye ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi, nenye ɖe woaŋlɔe ɖe agbalẽ me eye nenye ɖe woatsɔ gayibɔnuŋlɔnu aɖee ɖe akɔblikpe dzi alo woaɖee ɖe agakpe dzi tegbee hã la, anyo ŋutɔ. Menya be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔeba la, atsi tsitre ɖe anyigba dzi. Eye ne nye ŋutigbalẽ vuvu keŋkeŋkeŋ hã la, makpɔ Mawu le nye ŋutilã me, Nye ŋutɔ makpɔe, makpɔe kple nye ŋkuwo, menye ame bubu aɖeke tɔ o. Aleke nye dzi mehetsi dzi ɖe eŋui o! “Ne miegblɔ be, ‘Aleke míadi vɔ̃ nɛ? Eya ŋutɔ gbɔ kuxiawo tso’ la, ekema yi nedo vɔvɔ̃ na miawo ŋutɔ elabena dziku atsɔ yi ahe toe eye mianya be ʋɔnudɔdrɔ̃ li.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/20-78e0e6e096685b37d8415667d9dfb31e.mp3?version_id=1613,"Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu nɛ be, “Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ. Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye, eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu. “Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema, tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo, eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la, atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’ Edzona dzona abe drɔ̃e ene, womagakpɔe o eye wòabu abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene. Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o. Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo, eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu. Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me. “Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te, togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la, eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me, eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me. Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe. Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi. Eno da ƒe aɖi eye ƒli ƒe aɖi awui. Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o. Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o, ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe si do tso eƒe asitsatsa hã me o elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo eye wòxɔ aƒe siwo metu o. “Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o. Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o. Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la, xaxa ava edzi eye hiãtuame ƒe ŋusẽ katã ava edzi. Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi. Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu hã la, akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee. Eɖee do goe tso eƒe lãme eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me. Ŋɔdzi alée, eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam. Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ. Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go eye anyigba atso ɖe eŋu. Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la, tsi sisiwo akplɔe adzoe. Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo, eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/21-50d723d4241c813e916d53823a226b48.mp3?version_id=1613,"Hiob ɖo nya ŋu nɛ be, “Ɖo to nyuie nàse nye nyawo, esia nenye akɔfafa si nànam. Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la, miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi. “Amegbetɔe mele konyi fam na? Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o? Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo nawɔ yaa eye miaƒu asi nu. Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina, kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo? Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume. Woƒe aƒewo me le dedie, wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe ameƒoti mevaa wo dzi o. Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o, woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o. Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum. Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu. Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me eye woyia yɔ me le ŋutifafa me gake wogblɔna na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Medzro mí be míanya wò mɔwo o. Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’ Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede. “Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina? Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi, esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me? Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene? Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’ Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ, ne wòanya nu si wònye! Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ, eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua? “Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu, esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã? Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime, wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu. Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o. Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me, eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi. “Menya nu siwo susum miele la nyuie kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye. Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’ Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa? Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ si wogblɔ fia mi la me be woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe, eye woɖenɛ le dzikugbe oa? Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ? Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ? Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu. Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ. “Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã? Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/22-b2f74f11f6205404440c8170300158ae.mp3?version_id=1613,"Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be, “Ɖe ame anye viɖenu na Mawua? Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa? Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe? Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o? “Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò hetsɔ nya ɖe ŋuwòa? Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa? Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa? Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama. Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo, evɔ nèhenye ŋusẽtɔ, anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi, bubu le ŋuwò. Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa. Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo. “Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa? Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya? Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea? Lilikpo dodowo xe eŋkume eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’ Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia? Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe. Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’ Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede. Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo, ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be, ‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’ “Tsɔ ɖokuiwò na Mawu eye nànɔ ŋutifafa me kplii, to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi. Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te. Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ, eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me, tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la, ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika kple klosalo nyuitɔ. Ekema le nyateƒe me la, Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu. Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ. Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi. Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi. Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã, ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/23-04192cb2573e037da2eda8b963c846ed.mp3?version_id=1613,"Tete Hiob ɖo eŋu be, “Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi, eƒe asi sẽ ɖe dzinye, evɔ mele hũu ɖem hafi. Nenye ɖe manya afi si makpɔe le, nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ! Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti. Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea? Ao, ke boŋ aɖo tom Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me. “Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o, ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma hã o. Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o, ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o. Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la, mato eme abe sika ene. Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli, melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o. Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o, mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu. “Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna. Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye. Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ. Mawu na dzi ɖe le ƒonye, Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam. Ke hã la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/24-36d226b00de039fc8106ac7dbb815ec0.mp3?version_id=1613,"“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o? Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm na ŋkeke siawo dzodzro? Amewo ɖea liƒokpewo ɖa, wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee. Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene. Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome eye wozia ame dahe siwo katã le anyigba dzi la dzi be woasi abe. Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim abe gbetedziwo le gbegbe ene eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo. Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo eye wofɔa nuku siwo ge la le ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me. Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o. Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi, wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o. Woɖea tsyɔ̃evi le no nu eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu. Esi wònye avɔ mele wo si o ta la, wole yiyim amama, wolé lu bablawo ɖe ta, evɔ dɔ le wo wum. Wole amiti ƒe ku tum le te dzi, wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum. Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli dom be woaxɔ na yewo, gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o. “Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu, ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o. Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo, le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam, egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’ eye wòɣlaa eƒe mo. Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ, gena ɖe aƒewo me gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o. Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo. “Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ, woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o. Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe si lolõ la dzonae ene la, nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa nu vɔ̃ la hã dzonae. Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo, womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o, ke boŋ woŋena abe atilɔ ene. Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o. Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ. Togbɔ be woli ke hã la, kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o. Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu. Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe, tete wo nu va yina, woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene. “Ne mele alea o la, ame kae aɖe aʋatso nam eye wòana nye nyawo nazu tofloko?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/25-ff22593ad62319623ddd76170afde50c.mp3?version_id=1613,"Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be, “Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo. Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o? Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe? Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la, aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/26-ba47d02cbf4bb5063dc65fbc3c74c235.mp3?version_id=1613,"Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Miekpe ɖe ame beli la ŋu ŋutɔ! Miekpe ɖe ame gblɔe la ƒe abɔ ŋu ŋutɔ! Aɖaŋu kae nye esi nèna ame si si nunya mele o! Eye sidzedze kae nye gã si nèɖe fia! Ame kae kpe ɖe ŋuwò be nègblɔ nya siawo? Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe ƒo nu to dziwò? “Ame kukuwo le vevesese gã aɖe me, nenema kee nye ame siwo le tɔ gɔme kple ame siwo le tɔ me. Ku le ƒuƒlu le Mawu ŋkume, eye wometsyɔ nu gbegblẽ dzi o. Ekeke dzigbeme ƒe lilikpowo ɖe teƒe siwo naneke mele o eye wòna anyigba le yame, naneke melée ɖe asi o. Eŋlɔ tsiwo ɖe lilikpowo me, gake woƒe kpekpe mena lilikpoawo gbã o. Etsɔ nu tsyɔ ɣleti si sɔ tegblẽe la ƒe ŋkume eye wòkeke eƒe lilikpowo ɖe edzi. Eɖe liƒo na dzite ɖe tsiwo dzi eye wòde mama kekeli kple viviti dome. Ne ele mo kam na nuwɔwɔwo la, dziƒosɔtiwo ʋuʋuna eye wodzona nyanyanya. Ena atsiaƒu dze agbo to eƒe ŋusẽ dzi eye wòfli Rahab kakɛkakɛ to eƒe nya dzi. Ena dziŋgɔli me kɔ to eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ dzi eye eƒe asi ŋɔ da vɔ̃ɖi si ɖiɖi va yina. Esiawoe nye eƒe dɔwɔwɔwo ƒe sue aɖe ko eye aleke dalĩ si wodo le eŋuti miese la le bɔlɔe ale! Eya ta ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/27-595904d7131da728cc9dad76ef3fd7d8.mp3?version_id=1613,"Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be, “Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ, ame si do vevesese na nye luʋɔ be, zi ale si agbe le menye, Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la, nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o. Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o va se ɖe esi maku la, nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o. Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o. Zi ale si mele agbe la, nye dzitsinya mado vlom o. “Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene! Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa? Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo, ne eɖo xaxa mea? Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua? Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia? “Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o. Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã. Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo? “Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o. Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ eye woƒe ahosiwo mafa na wo o. Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene, wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la, ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo. Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui ƒe azi si wòƒo teti ko la ene eye wòanɔ abe zãɖialawo ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene. Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la, naneke megali o. Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me. Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo, ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe. Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe, esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe. Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe eye wònyae ɖa le enɔƒe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/28-6141ecc81680c6c8e41a7b7bcb062f6f.mp3?version_id=1613,"“Klosalokuƒe li eye teƒe li si wololõa sika le. Wokua gayibɔ le tome eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe. Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti, etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ kekeake me hena tomenuwo. Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ, teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o; teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le. Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ le tome abe dzo me wòto ene. Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me. Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o, eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o. Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawo eye wòna towo te dze go. Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome eye eƒe ŋkuwo kpɔa eƒe nu xɔasi vovovowo katã. Etsana le tsidzɔƒewo eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu. “Ke afi ka woakpɔ nunya le? Afi ka gɔmesese nɔna? Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o, womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o. Gogloƒe gblɔ be, ‘Menye tɔnyee o,’ Atsiaƒu gblɔ be, ‘Mele gbɔnye o,’ Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o. Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo, oniks kple safir o. Sika alo kristalkpe masɔ kplii o eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o. Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã. Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o. “Ekema afi ka nunya tso? Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe? Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã. Tsiẽƒe kple ku gblɔ be, ‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’ Mawue nya egbɔmɔ eye eya koe nya afi si wòle. Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te. Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi, hedzidze tsiwo vɔ, esi wòwɔ se na tsidzadza, heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la, enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔ eye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ. Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’ ”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/29-78a46144c4d7605531ad674d476ccce1.mp3?version_id=1613,"Hiob yi eƒe nuƒoƒo dzi be, “O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abe ale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene, le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye, esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me! O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene, esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe, esi Ŋusẽkatãtɔ la ganɔ kplim ko eye vinyewo ƒo xlãm, esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖe eye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam. “Ne meyi dua ƒe agbo nu, henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, le dua ƒe ablɔme la, ɖekakpuiawo kpɔam, heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu, dumegãwo tɔna ne wole nu ƒom hetsɔa asi ɖoa nu. Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me. Ame sia ame si ɖo tom la kafuam eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o. Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ. Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu. Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ kple afɔ na tekunɔ. Menye tɔ na hiãtɔwo eye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu. Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwo eye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame. “Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me, nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene. Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔ eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la. Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunye eye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’ “Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm, nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me. Ne meƒo nu la, womegaƒoa nu o eye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ. Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza ene eye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui me abe ale si wonoa kelemetsi ene. Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o, nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo. Metiaa mɔ si woato la na wo, menɔa wo dome abe woƒe tatɔ ene eye menɔa wo dome abe woƒe fia le eƒe aʋakɔwo dome ene. Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/30-a9b639b601e5b3b9a51d12da83294451.mp3?version_id=1613,"“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na, ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye. Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam, esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu? Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me. Le gbe me woda amagbewo eye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke. Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene. Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me, agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me. Wole xɔxlɔ̃m le gbe me eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te. Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene. “Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem, heɖu fewu le ŋunye le ha la me eye mezu lodonu le wo dome. Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam eye woɖea ta ɖe mo nam faa. Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la, wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me. Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime, woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye. Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o. Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye. Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye, wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene. “Azɔ nye agbe nu va le yiyim eye hiãŋkekewo lém. Zã ŋɔa nye ƒuwo eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o. Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la dzinye abe avɔ ene, eye wòle awu ɖe ve nam. Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me eye mezu ke kple dzofi. “O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o, metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu. Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee. ȃom tsa, hena ya lɔm ɖe nu eye nènyamam le ahom la me. Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã. “Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o. Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa? Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa? Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum, esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam. Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o, fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim. Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyim gake menye ɣee ɖum o, metsi tsitre ɖe ameha la titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu. Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwo kple hati na golowo. Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe. Nye kasaŋku do konyifagbe eye nye dze le avigbe dom." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/31-83190d4841917e4cdc35f29cde96a0c8.mp3?version_id=1613,"“Mebla nu kple nye ŋku be megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o. Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tso Mawu si le dziƒo la gbɔ kple eƒe domenyinu tso Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ? Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa? Ɖe mekpɔ nye mɔwo eye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa? “Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la, ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi eye wòanya be nyemeɖi fɔ o. Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi, nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo alo nye asiwo ƒo ɖi la, ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã eye woneho nye nukuwo le bo dzi. “Ne nyɔnu aɖe flu nye dzi alo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la, ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii. Elabena esia anye ŋukpenanu kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃. Enye dzo si bina hena gbegblẽ, eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi. “Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la, nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem? Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta? Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa? Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa? “Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu, nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la, eya ko woagblɔ nya aɖe, evɔ la tso nye ɖekakpuime ke, menyi tyɔẽviwo abe fofo ene eye tso nye ɖevime ke, mefia mɔ ahosiwo. Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o, ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be woxɔa nye nya le ʋɔnu la, ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu eye wòaŋe le ekpeƒe. Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam, eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o. “Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu alo megblɔ na sika nyuitɔ be, ‘Wòe nye nye sitsoƒe,’ nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta, nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ, nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃, ale be woflu nye dzi le adzame eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo, de bubu wo ŋu la, ekema esiawo hã anye nu vɔ̃ siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu, elabena adze ƒãa be nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o. “Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la, eya ko magblɔ nya aɖe. Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o. Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be, ‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la, anye ne enye nya bubu elabena mele na amedzro aɖeke be wòatsi mɔto adɔ o elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo. Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃ abe ale si amewo wɔna ene, be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me, elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be, mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la, anye ne enye nya bubu kura. “O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe! Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te, azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam, ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi. Vavã malée ɖe nye abɔta eye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene. Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene. “Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi, nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la, ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.” Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/32-2e26f6a15e238504f84ce1e5e1a86e23.mp3?version_id=1613,"Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume. Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta. Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe. Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui. Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi. Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be, “Nyemetsi o, mienye xoxo nam eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu do dzi gblɔ nu si menya la na mi o. Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu eye ƒe geɖe nefia nunya.’ Gake gbɔgbɔ si le ame me, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee. Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o. “Eya ta megblɔ be, Miɖo tom, nye hã magblɔ nu si menya la na mi. Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom, meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo kple ale si nya vɔ le mia si eye mienɔ nya si miagblɔ la dim. Meɖo to mi nyuie gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖee fia be Hiob dze agɔ o eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo eƒe nyahehewo ŋu o. Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o, Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’ Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o. “Woƒe mo wɔ yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o eye gbɔgblɔ bu ɖe wo. Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea? Nye hã magblɔ tɔnye sinua; nye hã magblɔ nu si menya elabena nya le asinye fũu, eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim. Elabena le menye la, mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene eye abe wainlãgbalẽgolo si le klalo na gbagbã ene. Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe, ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu. Nyemade ame aɖeke dzi alo aflu ame aɖeke o elabena ne mebi le amefuflu me la, nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/33-c99d5e7f83d626569c2e4a09ff29bc51.mp3?version_id=1613,"“Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo, eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu. Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge eye nye nyawo le nye aɖe nu. Nye nyawo tso dzi vavã me eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me. Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye, eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui, dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim. Ɖeko mele abe wò ene le Mawu ŋkume, nye hã anyi mee woɖem tsoe. Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò alo nye asi nakpe le dziwò o. “Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be, ‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o, ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me. Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye, eye wòbum eƒe futɔe. Etsɔ nye afɔ de kunyowu me eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’ “Gake magblɔe na wo be, le esia me ya, tɔwò medzɔ o, elabena Mawu lolo wu amegbetɔ. Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be, meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o? Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã. Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me, ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la, ava ƒo nu ɖe to me na wo, atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo, be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me eye wòaɖee tso dada me, ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o. “Alo eƒoa ame le dɔbadzi kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa, ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã. Eƒe ŋutilã vɔ le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu lã nɔ tehetehe la dze go azɔ. Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe, eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me. Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene, ɖeka le akpe dome, be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ, heve enu, gblɔ nɛ be, ‘Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o elabena mekpɔ avulénu nɛ’ la, tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene. Edoa gbe ɖa na Mawu eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ, ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli, ale Mawu gaɖonɛ te, be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã. Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be, ‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe gake nyemexɔ tohehe si medze na la o. Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me, eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’ “Mawu wɔa nu siawo katã na ame, zi eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã, be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe, be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi. “Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom, zi ɖoɖoe, ne maƒo nu. Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam, elabena medi be wòatso na wò. Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom, zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/34-2267baef571bdfcde58e64292f7ef0f0.mp3?version_id=1613,"Tete Elihu gblɔ be, “Mise nye nyawo, mi nunyalawo, miɖo tom, mi nugɔmeselawo, elabena to doa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene. Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae. “Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o gake Mawu gbe afiatsotso nam Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe, togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’ Ame kae le abe Hiob, ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene? Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo. Elabena egblɔ be, ‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be yeadze Mawu ŋu o.’ “Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo. Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ. Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii. Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be Mawu awɔ nu gbegblẽ alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o. Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae? Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu? Ne enye eƒe tameɖoɖo eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ kple agbegbɔgbɔ dzi la, amegbetɔwo katã atsrɔ̃ eye ame atrɔ azu anyi. “Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia, lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti. Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua? Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la? Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be, ‘Mienyo na naneke o’ eye na bubumewo be, ‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa, ame si medea amegãwo dzi o eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo, gblẽa ame dahewo ɖi o, elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa? Wokuna kpata le zãtitina, ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee. “Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu, ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe. Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o. Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo, eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o. Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me, eye wogbãna gudugudugudu. Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le elabena wotrɔ le eyome eye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o. Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe? Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe? Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe, be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia o eye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o. “Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be, ‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o. Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam, ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’ Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu, esi nègbe be yematrɔ dzi me oa? Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o eya ta gblɔ nu si nènya la nam. “Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala siwo se nye nyawo la gblɔ nam be, ‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe eye susu mele eƒe nyawo me o.’ O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu, be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ! Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti, esia akpe fewuɖutɔe le mía dome eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/35-8412b6ab6524fd252e0a0a92f903ccae.mp3?version_id=1613,"Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be, “Èsusu be esia le dzɔdzɔea? Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’ gake nèhele ebiam be, ‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’ “Medi be maɖo eŋu na wò kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò. Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa, le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu? Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la, nu ka wòagblẽ le eŋu? Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ, alo nu kae wòxɔ tso asiwò me? Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo eye amegbetɔviwo ko dzie wò dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo. “Amewo le ɣli dom le teteɖeanyi ƒe agba kpekpewo te, wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tso Ŋusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu, nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me, ame si fiaa nu geɖewo mí, wu gbemelã siwo le anyigba dzi eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’ Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o, le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta. Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo. Ne meɖo to emawo o la, aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be, mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me, eye ele be nàlalae. Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o. Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o la kɔ ɖi gleglegle.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/36-7ea1ab0be7452a46c6fc8de95449d8d7.mp3?version_id=1613,"Elihu yi edzi be, “Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu. Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa, eya ta matso na nye Wɔla. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be, nye nyawo menye aʋatso o eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò. “Mawu nye Ŋusẽtɔ, etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o gake medoa vlo amewo o. Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe. Ke ne wode ga amewo, hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la, egblɔa nu si wowɔ la na wo, esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe. Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me. Ne woɖo to eye wosubɔe la, woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme. Ke ne womeɖo to o la, yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae. “Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo, ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la, womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o. Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me, ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome. Ke eɖea ame siwo le fu kpem la le woƒe fukpekpewo me eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me. “Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me, ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo le fũu la ŋu le dziɖeɖi me. Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò, ale nège ɖe afiatsotso kple tohehe ƒe asi me. Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o. Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katã alé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa? Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe amewo ado goe le woƒe aƒewo me o. Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi, si nèdi wu hiã la ŋu o. “Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me. Ame kae nye nufiala abe eya ene? Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be, ‘Èwɔ nu gbegblẽ?’ Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me. Amegbetɔwo katã kpɔe eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge. Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta! Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta. “Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu, si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me, lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me, eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi. Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo, kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme? Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa. Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu wo le agbɔsɔsɔ me. Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo mee eye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi. Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna, nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/37-0e64676a42a041cac2c965d3c3c10143.mp3?version_id=1613,"“Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe. O ɖo to! Ɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe kple bublu si le dodom tso eƒe nu me. Eɖe asi le eƒe dzokeke ŋu ɖe yame katã eye wòɖoe ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke hã Eƒe gbeɖeɖe kplɔa esia ɖo, ebluna kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe gbe. Ne eƒe gbe ɖi la, meléa naneke ɖi o. Mawu ƒe gbe bluna le nukumɔwo dzi, ewɔa nu dzɔtsu siwo kɔ wu míaƒe gɔmesese. Egblɔna na tsikpe be, ‘Dza ɖe anyigba dzi’ eye na tsi be, ‘Nye tsi gã aɖe nàdza.’ Ale be amegbetɔ siwo katã wòwɔ la nanya eƒe dɔwɔwɔ, eye wòɖoa asi ame sia ame ƒe dɔ dzi. Gbemelãwo sina bena eye wonɔa woƒe dowo me. Ahom tsoa eƒe xɔa me vana eye ya sesẽwo hea vuvɔ vɛ. Mawu ƒe gbɔgbɔ hea fafa gã aɖe vɛ eye tsi gbanawo dzi zua tsikpe. Enyɔa tsi ɖe lilikpowo me, ekakaa eƒe dzikedzo to wo me. Le eƒe mɔfiafia nu wotrɔa trɔgodoe le anyigba la katã ŋkume, be woawɔ nu sia nu si ƒe se wòde na wo. Ehea lilikpowo vɛ be woahe to na amewo alo be woade tsi anyigba, ne wòaɖe eƒe lɔlɔ̃ afia ameawo. “Hiob, ɖo to nàse nu sia, zi ɖoɖoe eye nàbu Mawu ƒe nukunuwo ŋu. Ènya ale si Mawu léa lilikpowo ɖe asii, eye wònana dzi kea dzoa? Ènya ale si lilikpowo wɔ hafi le yamea, ènya nukunu siwo nye ame si de blibo le gɔmesese me la tɔa? Wò ame si le fifia tem le wò awuwo me, ne dzieheya xɔdzo nya ƒo to anyigba dzi ko, àte ŋu akpe ɖe eŋu le dziŋgɔli ƒe keke ɖe yame me, nu si sesẽ abe ahuhɔ̃e si wowɔ kple akɔbli enea? “Gblɔ nu si míagblɔ nɛ la na mí, míate ŋu ahe míaƒe nya ayi egbɔe o elabena míawo míele viviti me. Wonegblɔ nɛ be medi be maƒo nua? Ɖe ame aɖe abia be wonemi ye agbagbea? Azɔ la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ ɣe o elabena ele keklẽm le dziƒo ŋutɔ, esi yaƒoƒo na eƒe mo kɔ nyuie. Edo tso anyiehe kple sikatsyɔ̃ɖoɖo. Mawu ɖiɖi va le ŋɔdzi ƒe ŋutikɔkɔe me. Ame aɖeke matu Ŋusẽkatãtɔ la o elabena togbɔ be eƒe ŋusẽ de dzi bobobo, le eƒe afiatsotso kple dzɔdzɔenyenye gã la me hã la, metea ame aɖeke ɖe anyi o. Eya ta amewo dea bubu eŋu elabena ɖe medea bubu ame siwo katã ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/38-8186d9a7a15e832859cc464a623a4d03.mp3?version_id=1613,"Tete Yehowa ɖo nyawo ŋu na Hiob to ahom me be, “Ame ka nye esi tsɔ viviti tsyɔ nye aɖaŋudede dzi kple nya siwo gɔmesese meli na la o? Tso nàbla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò, nàɖo eŋu nam. “Afi ka nènɔ esi meɖo anyigba ƒe gɔmeɖokpewo anyi? Gblɔe nam, ne èse egɔme. Ame kae dzidze eƒe kekeme kple didime? Ànyae godoo! Ame kae tsɔ dzidzeka ɖo eŋu? Nu ka dzi woɖo egɔme anyi ɖo? Alo ame kae ɖo eƒe dzogoedzikpe esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli? “Ame kae do ʋɔ ɖe atsiaƒu nu esi wòdo go kpoyi tso dadaa ƒe dɔ me esi metsɔ lilikpo wɔ eƒe awudodoe heblae ɖe viviti tsiɖitsiɖitsiɖi me, esi meɖo seɖoƒe nɛ, hede ʋɔtru kple gametiwo enu, esi megblɔ be, ‘Afii ko nàse, mèkpɔ mɔ ato liƒo sia dzi o, afi sia ko wò dada kple ɖokuidodoɖedzi ase?’ “Èɖe gbe na ŋdi kpɔ tso esi wò ŋkekewo dze egɔme alo na fɔŋli nya eƒe nɔƒe, be wòalé anyigba ƒe toga, ahaʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le edzia? Anyigba trɔ eƒe nɔnɔme abe anyi le nutrenu te ene, eye eƒe nɔnɔme le abe avɔ tɔ ene. Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi. “Èzɔ mɔ yi ɖe atsiaƒu ƒe vudo me alo zɔ le gogloƒe ƒe nudiƒewo kpɔa? Wofia ku ƒe agbowo wò kpɔa? Èkpɔ ku ƒe vɔvɔli ƒe agbowo kpɔa? Èse anyigba ƒe kekeme gɔmea? Gblɔe nam, ne ènya esiawo katã. “Afi ka mɔ si yi kekeli ƒe nɔƒe la to? Eye afi kae nye viviti nɔƒe? Àte ŋu akplɔ wo ayi wo nɔƒewoea? Ènya toƒe si yi ɖe wo nɔƒea? Meka ɖe edzi be ènyae elabena wodzi wò ye ma ɣi xoxo! Ƒe geɖewoe nye esia esi nèle agbe! “Ège ɖe sno ƒe nudzraɖoƒe alo kpɔ kpetsi ƒe nudzraɖoƒe, esi meɖo ɖi na xaxaɣi, aʋaŋkekewo kple aʋakpegbe la kpɔa? Afi ka mɔ si wotona yia teƒe si dzikedzo kakana le alo teƒe si wokakaa ɣedzeƒeya le ɖe anyigba blibo la dzi la to? Ame kae ɖo toƒe na tsi gã siwo dzana kple mɔ na ahom sesẽwo, be woade tsi anyigba si dzi ame mele o kple gbegbe si ame menɔ o, be wòaɖi kɔ na kuɖiɖinyigba gbɔlo eye wòamie gbe fɛ̃wo? Fofo le tsidzadza sia? Ame kae nye tɔ na ahũdzadza? Ame ka ƒe dɔ mee tsikpe do tso? Ame kae dzi zãmu si dzana tso dziƒo, esi tsiwo do kpe abe ahlihã ene eye gogloƒewo tame zu tsikpe? “Àte ŋu abla Atifieŋu siwo le keklẽma? Àte ŋu atu Avutɔ ƒe kawoa? Àte ŋu akplɔ ŋukeɣletiviwo ado goe ne woƒe dodoɣi ɖo alo akplɔ koklonɔ kple viawoa? Ènya dziƒo ƒe sewoa? Àte ŋu aɖo Mawu ƒe fiaɖuɖu anyi ɖe anyigba dzia? “Àte ŋu akɔ gbe dzi ado ɣli na lilikpowo, eye nàtsɔ tsiɖɔɖɔ atsyɔ ɖokuiwò dzia? Wòe ɖo dzikedzo ɖe eƒe mɔ dzia? Ɖe wova gblɔna na wò be, ‘Míawoe nye esi’ mahã? Ame kae tsɔ nunya na dzi alo gɔmesese na susu? Ame ka sie nunya le be wòaxlẽ lilikpowo? Ame kae ate ŋu aviã tsizɔ siwo le dziƒo, ne anyigba do kpe eye anyikɔ siwo le anyigba la lé ɖe wo nɔewo ŋu? “Wòe daa ade na dzatanɔ eye nèdia nuɖuɖu na dzatawo, ne dɔ le wo wum eye womlɔ woƒe dowo me alo le adeklo dzi le ave mea? Ame kae dia nuɖuɖu na akpaviãwo, ne viawo le xɔxlɔ̃m na Mawu eye wole tsatsam le nuɖuɖu makpɔmakpɔ ta?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/39-dce9b98c7f655574b8d8ebed4d6d232b.mp3?version_id=1613,"“Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via? Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua? Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia? Ènya ɣeyiɣi si wodzia via? Wodzea klo hedzia vi eye woƒe kuléle wua nu. Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me, ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o. “Ame kae na ablɔɖe gbetedzi? Ame kae tu kae? Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe. Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o. Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe. “Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa? Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea? Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua? Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea? Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta? Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea? Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea? “Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe gake womate ŋu atsɔe asɔ kple damixe ƒe fu kple aʋalã o. Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba, enana ke xɔdzo dea dzo eme eye metsɔ ɖeke le eme be, ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo, alo lã wɔadã aɖe agbãe o. Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o ene eye metsɔa ɖeke le eme ne eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o. Elabena Mawu mena nunyae alo na susu nyuie o. Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la, sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ. “Wòe na ŋusẽ sɔ alo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa? Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa? Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe, ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi. Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o, yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o. Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi, nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi. Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ, mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o. Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi. Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli. “Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea? Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea? Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me, agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe. Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke. Ʋu nye nuɖuɖu na viawo eye afi si aʋatsilawo le la, afi ma wònɔna.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/40-b30cfdb5dbbc1fcae235cc4c301b1589.mp3?version_id=1613,"Yehowa gblɔ na Hiob be, “Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa? Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!” Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be, “Aleke nye ame si medze o la maɖo nya ŋu na wòe? Metsɔ nye asi ɖo nye nu. Meƒo nu zi ɖeka gake nyemekpɔ ŋuɖoɖo o; meƒo nu zi evelia eya ta nyemagaƒo nu o.” Tete Yehowa ƒo nu na Hiob tso ahom me be, “Bla ali dzi abe ŋutsu ene, mabia nya wò eye nàɖo eŋu nam. “Ɖe nàdo vlo nye afiatsotsoa? Ɖe nàbu fɔm, atso na ɖokuiwòa? Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea? Ekema tsɔ ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ ɖɔ na ɖokuiwò eye nàtsɔ bubu kple gãnyenye ado na ɖokuiwò. Trɔ wò dɔmedzoe ƒe nuwɔwɔ kɔ ɖi bababa, nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe eye nàhee aƒu anyi. Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole. Ɖi wo katã ɖe ke me eye nàɣla woƒe mo ɖe yɔdo me. Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be, wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò. “Kpɔ atiglinyi si mewɔ kpe ɖe ŋutiwò la ɖa, eɖua gbe abe nyi ene. Eƒe ŋusẽ le alime nɛ eye ŋusẽ kae nya gã si le eƒe ƒodo ƒe lãmekawo me! Eƒe asike le nyenyem abe sedati ene, eƒe atagbomekawo ge ɖe wo nɔewo me. Eƒe ƒuwo le abe akɔbliga si me do le la ene eye eƒe afɔtiwo le abe gakpo ene. Eyae nye gbãtɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo dome gake Ewɔla ate ŋu azɔ ɖe edzi kple yi. Togbɛwo tsɔa woƒe kutsetsewo vɛ nɛ eye gbemelãwo katã fena le egbɔ. Emlɔa anyi ɖe ati dama te eye wòɣlaa eɖokui ɖe aƒla siwo le sime la me. Atiawo doa vɔvɔli ɖe edzi heɣlanɛ eye keti siwo le tɔʋuwo to la ƒoa xlãe. Ne tɔwo dze agbo la, dzika metsoa eƒo o eye togbɔ be Yɔdan tɔsisi le ƒoƒom ɖe eƒe nu dzi hã la, eɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Ɖe ame aɖe ate ŋu alée kple eƒe ŋku alo aɖo mɔ nɛ, ahaŋɔ eƒe ŋɔtia?" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/41-27178e9ee0164fc8ee992e34346e4b59.mp3?version_id=1613,"“Àte ŋu atsɔ ƒu aɖe lo le tɔ me alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ɖe nu me nɛa? Àte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ alo atsɔ ƒu aŋɔ eƒe glã? Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa? Aƒo nu na wò kple gbe blewua? Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye wò kluvi le eƒe agbe me katã? Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa? Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia? Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea? Àte ŋu atsɔ gaƒliwo aŋɔ eƒe ŋutigbalẽ alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe ta? Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi eye madzro wò be nàgawɔe o! Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò. Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o. Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã? Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye. “Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ, eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o. Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu? Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli? Ame ka ate ŋu ake eƒe nu, nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃? Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe eye woɖo ɖe wo nɔewo nu, ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be, ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o. Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be, womate ŋu ama wo dome o. Eƒe nyenye kea dzo miamiamia eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene. Dzoxiwo dona tso eƒe nu me, eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã. Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene. Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me eye dzo bibi dona tso eƒe nu me. Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ. Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, ale be womate ŋu afoe ɖa o. Eƒe akɔta do akpa abe kpe ene eye wòsẽ abe te si dzi wotua nu le la ene. Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã eye wogbugbɔna ɖe megbe ne wose eƒe afɔzi wògbɔna. Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o, nenema kee nye akplɔ, aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ. Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene. Mesina le aŋutrɔwo nu o eye akafokpewo le nɛ abe blitsro ene. Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ. Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene. Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene eye wòblua atsiaƒu me abe amiɖaze me blum wole ene. Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi, ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene. Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o, enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o. Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JOB/42-5a20d9411cedeb27ac7230deeb17757f.mp3?version_id=1613,"Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be: “Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu, ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o. Èbia be, ‘Ame kae nye esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’ Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti, nu siwo goglo akpa na nye nyanya. “Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu, ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’ Nye towo se nya le ŋuwò, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam eye megbe wo le ke kple afi me.” Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.” Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta. Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã. Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe. Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene (14,000), kposɔ akpe ade (6,000), agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka (1,000) kple tedzi akpe ɖeka (1,000) nɔ esi. Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi. Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk. Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa. Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene (140) eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ. Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/1-b4ef2c740fb0ca2ce8e61382a0647306.mp3?version_id=1613,"Le Yuda fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilonia fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee. Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe. Fia la ɖe gbe na Aspenaz, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã be wòatia Israelviwo dometɔ aɖewo tso fia la kple bubumewo ƒe ƒomewo me, ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo. Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo. Ame siawo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Woawoe nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria. Amegã la tsɔ ŋkɔ yeye na wo: Daniel ƒe ŋkɔ yeyeae nye Beltesazar, Hananiya tɔe nye Sadrak, Misael tɔe nye Mesak, eye Azaria tɔe nye Abednego. Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o. Azɔ la, Mawu na be dzikpɔla la nave enu eye wòakpɔ nublanui nɛ. Ke dzikpɔla la gblɔ na Daniel be, “Mele vɔvɔ̃m na nye aƒetɔ kple fia la, ame si ɖo wò nuɖuɖu kple nunono nam. Nu ka ta wòakpɔ wò, wò lãme manyo abe wò hati ɖekakpui bubuawo tɔ ene o? Ekema fia la axɔ nye ta ɖe tawò.” Daniel gblɔ na ameŋudzɔla si dzikpɔla la tia be wòadzɔ Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria ŋu la be, “Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o. Ekema nàtsɔ míaƒe dzedzeme asɔ kple ɖekakpui siwo ɖua fia la ƒe nuɖuɖu eye nàwɔ na mí ɖe nu si nàkpɔ la nu.” Ale wòlɔ̃ eye wòdo wo kpɔ ŋkeke ewo. Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu. Ale ameŋudzɔla la ɖe nuɖuɖu nyui si woaɖu kple wain si woano la ɖa eye wòtsɔa amagbewo na wo ɖe wo teƒe. Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme. Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar. Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme. Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã. Daniel nɔ afi ma va se ɖe fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/2-5b14aa0b23f7c587ee51d4bf68813232.mp3?version_id=1613,"Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eƒe susu ɖe fu nɛ eye megatea ŋu dɔa alɔ̃ o. Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la, egblɔ na wo be, “Meku drɔ̃e aɖe si le fu ɖem nam eye medi be mase egɔme.” Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.” Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo. Ke ne mielĩ drɔ̃e la eye mieɖe egɔme nam la, ekema miaxɔ nunanawo kple fetuwo kple bubudeameŋu gã aɖe tso gbɔnye.” Wogagblɔ be, “Fia la nelĩ drɔ̃e la na eƒe dɔlawo eye míaɖe egɔme.” Tete fia la ɖo eŋu be, “Meka ɖe edzi be ɣeyiɣi ko dim miele elabena mienya ta me si meɖo kplikpaa. Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.” Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o. Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.” Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã. Ale wòde se be woawu nunyalawo katã, eye wòɖo amewo ɖa be woadi Daniel kple etɔawo hã ne woawu wo. Esime Ariɔk, fiaŋusrafowo ƒe amegã yi be yeawu Babilonia nunyalawo la, Daniel ƒo nu kplii kple nunya kple ayedzedze. Ebia amegã la be, “Nu ka ta fia la de se sesẽ sia ɖo?” Tete Ariɔk ɖe nya la me na Daniel. Tete Daniel yi fia la gbɔ eye wòbia be wòana ɣeyiɣi ye be yeaɖe drɔ̃e la gɔme nɛ. Daniel trɔ yi eƒe aƒe me eye woɖe nya la me na xɔlɔ̃awo: Hananiya, Misael kple Azaria. Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o. Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la hegblɔ be, “Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ Tso mavɔ me yi mavɔ me. Nunya kple ŋusẽ nye etɔ. Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me Eye kekeli nɔa eŋu. Meda akpe na wò eye mekafu wò O, fofonyewo ƒe Mawu. Ètsɔ nunya kple ŋusẽ nam Èna menya nu tso nu si míebia wò ŋu Èna míenya fia la ƒe drɔ̃e la.” Tete Daniel yi Ariɔk, ame si fia la ɖo na be wòawu Babilonia nunyalawo katã la gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mègawu Babilonia nunyalawo o. Kplɔm yi fia la gbɔ eye maɖe eƒe drɔ̃e la gɔme nɛ.” Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!” Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?” Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale: “Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò. Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme. “Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ. Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli, wowɔ eƒe afɔwo kple gayibɔ eye wowɔ eƒe afɔwo ƒe akpa aɖewo kple gayibɔ, akpa aɖewo kple tsu. Esi nènɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu la, wolã agakpe aɖe me, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o. Ege va dze legba la ƒe afɔ siwo wowɔ kple gayibɔ kple tsu la dzi eye wògbã wo gudugudu. Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi. “Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la. O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika. “Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi. Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe. Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o. Abe ale si wowɔ afɔbidɛawo ƒe akpa aɖe kple gayibɔ eye wowɔ akpa aɖe kple tsu ene la, nenemae fiaɖuƒe sia ƒe akpa aɖe asẽ ŋu eye akpa aɖe masẽ ŋu o. Eye abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene la, nenema ameawo amae eye womawɔ ɖeka o, abe gayibɔ kple tsu ene. “Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee. Esiae nye ŋutega tso agakpe si tso toa me la ƒe gɔmeɖeɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, enye agakpe si gbã gayibɔ la, akɔbli la, tsu la, klosalo la kple sika la gudugudu. “Mawu gã la ɖe nu si ava dzɔ la fia fia la. Drɔ̃e la nye nyateƒe eye woaka ɖe eƒe gɔmeɖeɖe dzi.” Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel. Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.” Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la, le Daniel ƒe kokoƒoƒo nu la, ewɔ Sadrak, Mesak kple Abednego Babilonianyigba la ƒe dziɖuɖudɔwo dzi kpɔlawoe. Ke Daniel ŋutɔ nɔ fia la ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/3-44fc55dcb21c42f33391a247f66a85c6.mp3?version_id=1613,"Fia Nebukadnezar wɔ sikalegba aɖe wòkɔ afɔ blaasiekɛ, eye wòkeke afɔ asiekɛ. Ekɔe da ɖe Dura gbegbe le Babilonianyigba dzi. Esia megbe la, eyɔ amegãwo, anyigba la dzi ɖulawo, mɔmefiawo, gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo be woava kpɔ legba si yeli la ŋuti kɔkɔ teƒe. Ale amegãwo, dziɖulawo, aɖaŋudelawo gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo va ƒo ƒu hena legba si Fia Nebukadnezar li la ŋuti kɔkɔ teƒe kpɔkpɔ, eye wotsi tsitre ɖe eŋgɔ. Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo, ne mienya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, ele be miamlɔ anyi eye miade ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li. Ame sia ame si mamlɔ anyi eye wòade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo bibi la me enumake.” Eya ta ne amewo nya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, amewo katã, dukɔwo me tɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo mlɔa anyi eye wodea ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li. Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu. Wogblɔ na Fia Nebukadnezar be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Ède se, O fia, be ne ame sia ame se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ele nɛ be wòamlɔ anyi ade ta agu na sikalegba la eye ame sia ame si mamlɔ anyi ade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo si me dzo le bibim le la me. Ke Yudatɔ aɖewo li, ame siwo nètsɔ ɖo dziɖuɖu ƒe nyawo nu le Babilonia siwo nye Sadrak, Mesak kple Abednego, ame siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o. O fia, womesubɔa wò mawuwo o, eye womedea ta agu na sikalegba si nèli la o.” Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume. Fia la bia wo be, “Nyateƒe wònye, Sadrak, Mesak kple Abednego, be miesubɔa nye mawuwo o eye miedea ta agu na sikalegba si meli la o mahã? Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?” Sadrak, Mesak kple Abednego ɖo eŋu na fia la be, “O fia, mehiã be míaʋli mía ɖokuiwo ta le wò ŋkume le nya sia me o. Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia. Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.” Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã. Eɖe gbe na eƒe asrafo sesẽtɔwo le eƒe aʋakɔ me be woabla Sadrak, Mesak kple Abednego eye woada wo ɖe kpodzo la me. Ale ame siawo, ame siwo do awu ʋlayawo, tablanuwo kple awu bubuwo la, wobla wo eye wokɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe kpodzo si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la me. Fia la ƒe gbeɖeɖe nu sẽ, eye dzokpo la hã ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ ale gbegbe be dzo la ƒe aɖewo wu asrafo siwo kɔ Sadrak, Mesak kple Abednego ƒu gbe ɖe kpodzo la me. Ke ame etɔ̃ siawo, ame siwo wobla sesĩe la, ge dze dzo bibi la me. Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?” Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.” Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.” Tete Fia Nebukadnezar te ɖe kpodzo la ƒe ʋɔtru ŋu, eye wòdo ɣli be, “Sadrak, Mesak kple Abednego, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔlawo, mido go. Miva afi sia!” Ale Sadrak, Mesak kple Abednego do go le kpodzo la me eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. Tete Nebukadnezar gblɔ be, “Woakafu Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu, ame si ɖo eƒe mawudɔla ɖa eye wòɖe eƒe dɔlawo! Woxɔ edzi se eye wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, wolɔ̃ be yewoatsɔ yewoƒe agbewo ana wu be yewoasubɔ alo ade ta agu na mawu bubu negbe woawo ŋutɔ ƒe Mawu ko eya ta mele se dem be dukɔ sia dukɔ me tɔ alo gbe aɖe gblɔla si agblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu ŋu la, woaflii kakɛkakɛ eye woana eƒe aƒe nazu aɖukpo elabena mawu bubu aɖeke mate ŋu aɖe ame le mɔ sia nu o.” Tete fia la do Sadrak, Mesak kple Abednego ɖe ŋgɔ le Babilonia nutoa me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/4-a60618f2ff6ccf1a5134ddad2fba9a10.mp3?version_id=1613,"Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar, Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã. Eme nenyo na mi katã! Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti. Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ, eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ. Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime. Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam. Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam. Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam. Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o. Mlɔeba la, Daniel do ɖe nye ŋkume eye melĩ drɔ̃e la nɛ. Wotsɔ nye mawu ƒe ŋkɔ nɛ be, Beltesazar eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme. Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam. Esiawoe nye ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi. Mekpɔ ati aɖe le nye ŋkume le anyigba la titina. Ekɔ ŋutɔ. Ati la tsi, lolo, sẽ eye eƒe tame tɔ dziŋgɔli. Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ. “Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo. Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi. Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome. “ ‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome. Na woatrɔ eƒe amegbetɔ ƒe susu wòazu gbemelã tɔ va se ɖe esime ƒe adre nava yi. “ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’ “Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.” Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.” Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi! Ati si nèkpɔ wòlolo, sẽ, eƒe tame tɔ dziŋgɔli, eye wòdzena le anyigba la dzi kple eƒe aŋugba dzeaniwo kple kutsetse sɔgbɔwo, ati si naa nuɖuɖu ame sia ame, wònye sitsoƒe na gbemelãwo, eye eƒe alɔwo nye dzudzɔƒe na dziƒoxeviwo lae nye wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi. “Wò, O fia, èkpɔ dɔla aɖe, ame kɔkɔe aɖe, wònɔ ɖiɖim tso dziƒo henɔ gbɔgblɔm na wò be, ‘Tso ati la ƒu anyi eye nàtsrɔ̃e gake nàgblẽ eƒe takpoa ɖe tome eye nàde gayibɔ kple akɔblikɔsɔkɔsɔe ɖe gbe damawo dome le esime eƒe kewo le tome. Na dziƒozãmu naƒoe, wòanɔ agbe abe gbemelãwo ene va se ɖe esime ƒe adre nava yi.’ “O fia, esiae nye drɔ̃e la ƒe gɔmeɖeɖe eye wònye ɖoɖo si Dziƒoʋĩtɔ la wɔ ɖe wò, nye aƒetɔ kple fia ŋuti. Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu. Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum. Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.” Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi. Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la, egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?” Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò. Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.” Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene. Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee. Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o; eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Wobua anyigbadzitɔwo katã be womele ɖeke me o. Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo kple anyigbadzitɔwo. Ame aɖeke mate ŋu ahe eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?” Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã. Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/5-858ab019c06f9a6f398946f37550c176.mp3?version_id=1613,"Fia Belsazar ɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe ame ŋkuta akpe ɖeka eye wòno wain kpli wo. Esime Belsazar nɔ eƒe wain nom la, eɖe gbe be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa, Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem gbedoxɔ me la vɛ ale be fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo nano wain le wo me. Ale wotsɔ sikanu siwo wolɔ tso Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la vɛ eye fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo no wain le wo me. Esi wonɔ aha la nom la, wokafu sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ kple ati kple kpe ƒe mawuwo. Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm. Fia la ƒe mo fu kpĩi eye dzidzi ƒoe ale gbegbe be eƒe klowo de asi wo nɔewo ƒoƒo me kpakpakpa eye eƒe afɔwo gbɔdzɔ le ete. Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.” Tete fia la ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la alo ɖe egɔme na fia la o. Ale vɔvɔ̃ gaɖo Fia Belsazar ɖe edzi wu eye eƒe mo gafu kpĩi ɖe edzi wu. Eƒe ame ŋkutawo hã tɔtɔ. Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o. Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu. Wokpɔe dze sii be Daniel, ame si fia la yɔna be Beltesazar la, nunya kple gɔmesese le tagbɔ nɛ kpe ɖe ŋutete be wòaɖe drɔ̃ewo kple adzowo gɔme ŋu eye wònya nu si woawɔ le nya sesẽwo me. Na woayɔ Daniel ne wòaɖe nuŋɔŋlɔ la gɔme na wò.” Ale wokplɔ Daniel va fia la ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Daniel, aboyome siwo fofonye, fia la kplɔ vɛ tso Yuda la dometɔ ɖeka? Mese be mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye be gɔmesese, sidzedze kple nunya deto le mewò. Wokplɔ nunyalawo kple dzosalawo va nye ŋkume be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ la eye woaɖe egɔme nam gake womete ŋu ɖe egɔme nam o. Azɔ la, mese be àte ŋu aɖe nuwo gɔme eye nènya ta na nyadzɔdzɔ sesẽwo. Ne àte ŋu axlẽ nuŋɔŋlɔ la eye nàɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu na wò, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ na wò eye woana nàzu dziɖula gãtɔ etɔ̃lia le nye fiaɖuƒe la me.” Tete Daniel ɖo eŋu na fia la be, “Àte ŋu atsɔ wò nunana siwo ŋugbe nèdo la na ɖokuiwò eye nàtsɔ wò fetuwo ana ame bubu aɖe faa. Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la eye maɖe egɔme nɛ. “O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar. Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi. Ke esi dada ge ɖe dzi me nɛ eye dada na eƒe dzi me sẽ ta la, Mawu ɖee ɖa le eƒe fiazikpui dzi eye woɖe eƒe ŋutikɔkɔe ɖa le eŋu. Enyae le amegbetɔwo dome eye wotsɔ gbemelã ƒe susu nɛ. Enɔ gbetedziwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, dziƒozãmu dza ɖe edzi eye wònya be Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa ame si dze eŋu la ɖoa wo nu. “Ke wò fia, O Belsazar, mèbɔbɔ ɖokuiwo o togbɔ be ènya fofowò ƒe ŋutinyawo katã hafi. Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o eya ta Mawu ɖo asi si ŋlɔ nu la ɖa. “Nu si wòŋlɔ lae nye, Mene, mene, tekel parsin “Nya siawo gɔme le ale: “ Mene : Mawu ɖo seɖoƒe na wò fiaɖuɖu eye wòna wòwu enu. “ Tekel : Woda wò le nudanu dzi, eye wokpɔ be mèkpe o. “ Perez : Woma wò fiaɖuɖu me eye wotsɔe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.” Le Belsazar ƒe gbeɖeɖe nu la, wodo aɖabɛwu na Daniel, de sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye wona wòzu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me. Le zã ma ke me la, wowu Belsazar, Babilonia fia la eye Darius, Mediatɔ la xɔ fiaɖuƒe la esime wòxɔ ƒe blaade-vɔ-eve." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/6-24227191354aa617769c0eb3eafad973.mp3?version_id=1613,"Edze Darius ŋu be wòatia dumegã alafa ɖeka blaeve be woaɖu dzi le dukɔa me eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o. Azɔ la, Daniel ɖe eɖokui fia le amegãwo kple dziɖulawo dome kple eƒe ŋutete tɔxɛwo ale gbegbe be fia la ɖo be yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu. Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o. Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!” Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee! Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.” Ale Fia Darius na woŋlɔ se la. Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene. Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu. Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?” Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.” Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.” Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to. Tete ameawo yi fia la gbɔ le ha me eye wogblɔ nɛ be, “Ɖo ŋku edzi, O fia, be le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu la, womate ŋu atrɔ se aɖeke si fia de la o.” Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!” Wokɔ kpe aɖe da ɖe doa nu eye fia la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe ame ŋkutawo ƒe ŋkɔsigɛwo tre do la nu ale be womagatrɔ nya si dzɔ ɖe Daniel dzi la o. Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o. Le ŋdi kanya esi dzite tso ko la, fia la fɔ eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ. Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?” Daniel ɖo eŋu be, “O fia, nɔ agbe tegbee! Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.” Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu. Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o. Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!” Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu. “Elabena eyae nye Mawu gbagbe la eye wòanɔ anyi tegbee; Womagbã eƒe fiaɖuƒe la o eye eƒe dziɖuɖu nu matso o. Eɖea ame eye wòxɔna na ame. Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa. Eɖe Daniel tso dzatawo ƒe asi me.” Ale eme nyo na Daniel le Darius ƒe fiaɖuɣi kple Persiatɔ, Sirus ƒe fiaɖuɣi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/7-56dd1d5e61ba50fbf10025cf77661e2a.mp3?version_id=1613,"Le Belsazar, Babilonia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Daniel ku drɔ̃e esime wòmlɔ eƒe aba dzi eye ŋutega geɖewo to eƒe susu me. Eŋlɔ drɔ̃e la me nyawo da ɖi. Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam. Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me. “Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ. “Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’ “Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia. “Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo. “Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu. “Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la, “woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo. Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe. Eƒe awu fu tititi abe sno ene eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene. Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo. Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo. “Meyi ŋkuléle ɖe nuwo ŋu dzi le adegbeƒonya siwo lãdzo la nɔ gbɔgblɔm la ta. Meyi nukpɔkpɔ dzi va se ɖe esime wowu lã la eye wotsɔ eƒe ŋutilã kukua ƒu gbe ɖe dzo bibi la me. Woxɔ ŋusẽ le lã bubuawo si gake wona be woanɔ agbe hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. “Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o. “Nye, Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye eye ŋutega siwo mekpɔ la ɖe fu nam. Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ. “Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem. ‘Lã gã eneawoe nye fiaɖuƒe ene siwo ava dzɔ tso anyigba dzi. Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’ “Tete medi be manya lã enelia ƒe gɔmeɖeɖe tututu. Lã sia to vovo sãa tso bubuawo gbɔ eye ŋɔdzi nɔ eŋu ŋutɔ kple eƒe gaɖuwo kple akɔblifewo. Enye lã si vuvua nu, ɖua eƒe nu lélewo eye wòtua afɔ nu sia nu si susɔ la dzi. Medi hã be manya nu tso eƒe dzo ewo siwo nɔ eƒe ta kple dzo bubu si wòto, esi ŋgɔ dzo etɔ̃ ho le, dzo si ŋu dzedzeme nɔ wu bubuawo eye esi ŋu ŋkuwo kple nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe nɔ la ŋu. Esi melé ŋku ɖe eŋu la, dzo sia nɔ aʋa wɔm kple ame kɔkɔeawo eye wònɔ wo dzi ɖum. Va se ɖe esime Blema Mawu la va eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo eye ɣeyiɣia de be fiaɖuƒe la nazu wo tɔ. “Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe. Dzo ewoawo nye fia ewo siwo ado tso fiaɖuƒe sia me. Le woawo yome la, fia bubu aɖe ava, ato vovo tso esiwo do ŋgɔ nɛ la gbɔ eye wòaɖu fia etɔ̃ dzi. Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã. “ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe. Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’ “Esiae nye nya la ƒe nuwuwu. Nye, Daniel, nye susuwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ, nye ŋkume fu kpĩi ke medzra nya la ɖo ɖe nye dzi me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/8-160ca9c5c7a3c3c12b19348f8342db71.mp3?version_id=1613,"Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, nye Daniel mekpɔ ŋutega aɖe ɖe esi mekpɔ xoxo la yome. Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to. Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ agbo aɖe si to dzo eve, wòtsi tsitre ɖe tɔsisi la to; eƒe dzowo didi. Dzoawo dometɔ ɖeka nɔ kpuie wu evelia gake eva didi ɖe edzi emegbe. Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Esi menɔ nu sia ŋu bum la, gbɔ̃tsu aɖe tso ɣetoɖoƒe gome va le anyigba blibo la dzi tsam kple du gake eƒe afɔwo menɔ anyigba kam o. Gbɔ̃tsu la to dzo titri eve ɖe eƒe ŋkuwo dome. Eva agbo si to dzo eve si mekpɔ le tɔsisi la to la gbɔ eye wòlũ ɖe edzi kple dɔmedzoe helĩhelĩ. Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o. Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ. Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke. Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi. Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Le aglãdzedze ta la, wotsɔ ame kɔkɔewo ƒe aʋakɔ la kple gbe sia gbe ƒe vɔsa de asi nɛ. Nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ eye wòtsɔ nyateƒe ƒu gbe ɖe anyigba. Tete mese ame kɔkɔe aɖe wònɔ nu ƒom eye ame kɔkɔe bubu gblɔ nɛ be “Va se ɖe ɣe ka ɣi hafi ŋutega sia nava eme, ŋutega si ku ɖe gbe sia gbe ƒe vɔsa, aglãdzedze si hea gbegblẽ vɛ kple asiɖeɖe le kɔkɔeƒe la ŋu kple dɔla si dzi woanye avuzi le?” Egblɔ nam be, “Fiẽ kple ŋdi akpe eve alafa etɔ̃ ava yi ekema woagbugbɔ kɔkɔƒe la ŋu akɔ.” Esime nye, Daniel, menɔ ŋutega la kpɔm eye menɔ agbagba dzem be mase egɔme la, ame aɖe si ɖi ŋutsu la tsi tsitre ɖe nye ŋkume eye mese ame aɖe ƒe gbe tso Ulai tɔsisi la gbɔ wògblɔ be, “Gabriel, gblɔ ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe na ŋutsu sia.” Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.” Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre. Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu. Agbo dzoevee si nèkpɔ la nye Media fia kple Persia fia. Gbɔ̃tsu la nye Grik fia eye dzo titri si nɔ eƒe ŋkuwo dome lae nye fia gbãtɔ. Dzo ene siwo to ɖe ɖeka si woŋe teƒe lae nye fiaɖuƒe ene siwo ado tso eƒe dukɔ me gake ŋusẽ ma tɔgbi ke manɔ wo ŋu o. “Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado. Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo. Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o. “Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.” Ɖeɖi te nye, Daniel ŋu eye menɔ dɔba dzi ŋkeke aɖewo. Emegbe mefɔ eye meyi fia la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Ŋutega la wɔ nuku nam ŋutɔ; ekɔ wu amewo ƒe gɔmesese." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/9-c8524c2d1a7ea6e15267d7d6b810c3ad.mp3?version_id=1613,"Le Ahasuerus (Mediatɔ ƒe vi), Darius, ame si wotsɔ ɖo fiae ɖe Babilonia fiaɖuƒea nu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, nye Daniel, mese egɔme tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me, tso nya si Yehowa tsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia me, be Yerusalem ƒe aƒedozuzu anɔ anyi ƒe blaadre. Ale metrɔ ɖe Yehowa, nye Mawu ŋu eye meƒo koko nɛ to gbedodoɖa, kukuɖeɖe, nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔsisi me. Medo gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu eye meʋu nye nu vɔ̃ me be, “O Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si léa lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi na ame siwo katã lɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe sewo dzi, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. Míesẽ ŋuta eye míedze aglã. Míeɖe asi le wò ɖoɖowo kple sewo ŋuti. Míeɖo to wò dɔla nyagblɔɖilawo, ame siwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, dumegãwo kple mía fofowo kple anyigbadzitɔwo katã o. “Aƒetɔ, ènye dzɔdzɔetɔ, ke egbe la, ŋukpe lé mí, Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo kple Israelviwo katã, kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa, le dukɔ siwo me nèka mí hlẽ ɖo le míaƒe nuteƒemawɔmawɔ na wò ta. O Yehowa, ŋukpe lé mí, míaƒe fiawo, míaƒe dumegãwo kple mía fofowo le ale si míeda vo ɖe ŋuwò la ta. Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã. Míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o, eye míelé se siwo wòde na mí to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi la me ɖe asi o. Israel blibo la da le wò sewo dzi, wotrɔ le yowòme, eye wogbe toɖoɖo wò eya ta wotrɔ fiƒode kple atam siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sewo me la, kɔ ɖe mía dzi elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. Èwɔ nya siwo wogblɔ ɖe míawo kple míaƒe dziɖulawo ŋu la dzi, to dzɔgbevɔ̃e gã hehe va mía dzi me. Le dziƒo blibo la te la, womewɔ naneke kpɔ abe nu si wowɔ Yerusalem la ene o. Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o. Yehowa mehe ɖe megbe le dzɔgbevɔ̃e la hehe va mía dzi me o elabena Yehowa, míaƒe Mawu la dzɔdzɔetɔe wònye le nu sia nu si wòwɔna la me gake míeɖo toe o. “Azɔ la, O Aƒetɔ, mía Mawu, wò ame si kplɔ wò amewo do goe tso Egipte kple asi sesẽ eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, ŋkɔ si le ŋuwò va ɖo egbe sia, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. O Aƒetɔ, le wò nu dzɔdzɔewo katã wɔwɔ me la, na wò dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ naɖe ɖa le Yerusalem, wò du kple wò to kɔkɔe la ŋu. Míaƒe nu vɔ̃wo kple mía fofowo ƒe dzidadawo na Yerusalem kple wò amewo zu fewuɖunu na ame siwo katã ƒo xlã mí. “Azɔ, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo. Le wò ŋutɔ ta, O Aƒetɔ, kpɔ wò Kɔkɔeƒe si zu aƒedo la ɖa kple amenuveve. Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta. O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.” Esime menɔ nu ƒom, henɔ gbe dom ɖa nɔ nye kple nye dukɔ, Israel, ƒe nu vɔ̃ me ʋum eye menɔ koko ƒom na Yehowa, nye Mawu, ɖe eƒe to kɔkɔe la ta eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi. Efia num, gblɔ nam be, “Daniel, meva azɔ be mana sidzedze kple gɔmesese wò. Esime nèdze gbedodoɖa gɔme teti ko la, wona ŋuɖoɖo aɖe si meva be magblɔ na wò elabena wobua wò ŋutɔ eya ta bu gbedeasi la ŋu eye nàse ŋutega la gɔme: “Woɖo Kɔsiɖa blaadre na wò amewo kple wò du kɔkɔe la be miawu sedzidada nu, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, woalé avu ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, woatsɔ dzɔdzɔenyenye mavɔtɔ vɛ, woatre ŋutegawo kple nyagblɔɖiwo nu eye woasi ami na kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la. “Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi. Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti. Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/10-ed61f2d4c0cce1188de00006280aec7f.mp3?version_id=1613,"Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me. Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃. Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu. Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la, mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume. Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene. Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo. Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye. Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi. Asi aɖe ka ŋunye eye wòna mede asi dzodzo me nyanyanya le nye asiwo kple klowo dzi. Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko. Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo. Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma. Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.” Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku. Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.” Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye. Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.” Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.” Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava, gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/11-4a85fb948f24ca5a7621ee68d80648e4.mp3?version_id=1613,"Le Midiatɔ, Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, meɖoe ɖokuinye dzi be made megbe nɛ eye makpɔ eƒe agbe ta. “Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu. Emegbe fia sesẽ aɖe ava zi dzi, ame si aɖu fia kple asi sesẽ eye wòawɔ nu sia nu si adze eŋu. Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo. “Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ. Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi. “Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi. Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo. Emegbe la, Anyiehefia ava dze Dziehefia ƒe nuto me dzi gake agbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me. Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ. “Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi. Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o, elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie. “Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o. Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o. Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu. Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o. Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu. Esia megbe la, atrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu gake akli nu adze anyi eye womagakpɔe akpɔ o. “Ame si axɔ ɖe eteƒe la ana dugadzɔlawo natsa adzɔ ga be woalé fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖe te. Ke le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woatsrɔ̃e, ke menye le dziku me loo alo le aʋagbedzi o. “Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi. Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa. Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi. Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe. “Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta. Ame siwo ɖua nu le fia ƒe aƒe me la adze agbagba be yewoawui, woakplɔ eƒe aʋakɔwo adzoe eye ame geɖewo atsi aʋa. Fia eveawo, ame siwo ɖo nu vɔ̃ɖi kplikpaa ɖe woƒe dzi me la anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu, agblɔ alakpanyawo na wo nɔewo gake madze edzi o, elabena nuwuwu ava le ɣeyiɣi si woɖo la dzi. Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. “Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu. “Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi eye woatsɔ amenublenyawo agblẽ ame siwo da le nubabla la dzi, ke ame siwo nya woƒe Mawu la anɔ te, atsi tsitre ɖe eŋu ade goe. “Nunyalawo afia nu ame geɖewo, togbɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woatsi yi nu alo woatɔ dzo wo alo woalé wo loo alo aha wo hã. Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu. Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi. “Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu. Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã. Le woawo teƒe la, ade bubu mɔ sesẽ la ƒe mawu ŋu, mawu si fofoawo menya o. Mawu sia ŋue wòatsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo kple nunana xɔasiwo ade bubue. Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta. “Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene. Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me. Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o. Akeke ɖe Egipte ƒe sika, klosalo kple kesinɔnu veviwo nu eye Libiatɔwo kple Kustɔwo hã ana ta gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo. Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/DAN/12-1f82c2d40cf4b0a50f877793ec430ae7.mp3?version_id=1613,"“Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ. Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe. Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.” Tete nye, Daniel, mefɔ mo dzi eye, kpɔ ɖa, ame bubu eve le tsitre ɖe nye ŋkume, ɖeka le tɔsisi la ƒe go sia dzi eye evelia le go kemɛ dzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame be, “Va sa ɖe ɣe ka ɣi hafi nu manyatalenu siawo ava eme?” Ŋutsu si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame la, do eƒe ɖusibɔ kple miabɔ ɖe dziƒo eye mese wòta ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la gblɔ be, “Anye le ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã megbe, nenye be woŋe ame kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ mlɔeba la, ekema nu siawo katã ava eme.” Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?” Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme. “Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290). Woayra ame si do dzi, eye wònɔ te va se ɖe ŋkeke akpe ɖeka, alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (1,335) ƒe nuwuwu. “Ke wò la, lé wò mɔ ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Wò la, àdzudzɔ, eye le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, àtsi tsitre, eye nàxɔ domenyinu si nye wò gome.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/TIT/1-6c96575494c9dc91a70b4ae8be347654.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia Mawusosroɖa gbɔe, xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu. Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò. Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene. Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu. Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo” Ɖaseɖiɖi sia le eteƒe, eya ta ka mo na wo vevie, ale be woade blibo le xɔse la me, eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/TIT/2-8d3f65df7fd48fdb3adec7b109aeb884.mp3?version_id=1613,"Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo. Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me. Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o. Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe. Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o. Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo. Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me. Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o. Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu, eye womegaɖo nya ŋu na woƒe aƒetɔwo o. Fia wo hã be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu. Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la. Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/TIT/3-0b621bfc974f1d944d4ecd90a0a344d3.mp3?version_id=1613,"Ɖo ŋku edzi na wò ameawo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo, eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣe sia ɣi. Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame. Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí. Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta, ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbãgo la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wona mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame. Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ. Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o, elabena ame ma tɔgbi medaa asi ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm, eye eya ŋutɔ nya nenema. Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me. Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo. Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nu nyui wɔwɔ me, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo, eye womanɔ agbe maɖevi o. Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EPH/1-6f6cc46265125dd6368caf02d739e079.mp3?version_id=1613,"Nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Yesu Kristo ƒe apostolo la gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi. Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me. Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume. Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me! Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta. Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí, eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi. Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta. Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me. Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene. Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta. Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo. Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu. Esia ta tso ɣeyiɣi si mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la, nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me. Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo, kple eƒe ŋusẽ gã triakɔ si wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene. Ŋusẽ triakɔ siae fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me. Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te, eye wòwɔe hame la ƒe tatɔ gãtɔe. Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EPH/2-c83f96d1737d481a198d1e9572a6ca7c.mp3?version_id=1613,"Miawo la, miezu ame kukuwo ɖe miaƒe vodadawo kple nu vɔ̃ siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta. Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene. Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie. Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me, be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me. Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana, menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o. Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la. Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la, miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o. Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me. Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa. To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome, eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la. Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la. To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi. Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la. Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EPH/3-f61efd270beed4c7870ce336f521d7f6.mp3?version_id=1613,"Le esia ta la, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele gaxɔ me le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta. Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta, le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla la be ame siwo menye Yudatɔwo o hã nakpɔ amenuveve. Megblɔ nya sia na mi do ŋgɔ kpuie to agbalẽŋɔŋlɔ na mi me. Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miase ale si mewɔ nya Kristo ƒe nya ɣaɣla siawo gɔme. Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. Azɔ nya ɣaɣla lae nye be: to nyanyui la gbɔgblɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã azu domenyilawo abe Israelviwo ene; wozu ƒometɔwo kple ŋutilã ɖeka, eye woakpɔ gome le ŋugbedodo si le Kristo Yesu me la me. Mezu nyanyui la ƒe dɔla to Mawu ƒe nunana kple amenuveve si tso eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ me la me. Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me. Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me, le eƒe ɖoɖo mavɔ si ŋu dɔ wòwɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la nu. Azɔ la, míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume le xɔse, ablɔɖe kple dzideƒotɔ me. Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nye fukpekpewo ta o, ke boŋ mitsɔe be enye bubudede mia ŋu. Susu sia ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la, ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi la kpɔa woƒe ŋkɔ tsona. Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me, be wòana ŋusẽ mi abe ame kɔkɔewo katã ene, eye miate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kekeme, eƒe didime, eƒe kɔkɔme kple eƒe goglome gɔme, be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu. Azɔ hena eya ame si tea ŋu wɔa nu geɖe wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la, eya tɔe nye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EPH/4-2b64d17789e224f6baaf1475f351a437.mp3?version_id=1613,"Nye, ame si le ga me le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe nyuie, eye miadze na yɔyɔ tɔxɛ sia. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me. Midze agbagba mianɔ anyi le Gbɔgbɔ la ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene. Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li; Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me. Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene. Esia ta woŋlɔ ɖi be, “Esi wòlia yi dzi la, eɖe aboyo ame geɖewo dzoe, eye wòna nunana amewo.” (“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke. Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.) Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo, be woadzra Mawu ƒe amewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔwo, be woatu Kristo ƒe ŋutilã ɖo va se ɖe esime míewɔ ɖeka le xɔse kple sidzedze Mawu ƒe Vi la me, eye míetsi hede blibo le Kristo me. Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o, ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me. Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm. Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o. Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta. Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me, eye wole nu sia wɔwɔ dzi ɣe sia ɣi. Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o. Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu. Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me. Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee, eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me. Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye. Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o. Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo. Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo. Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EPH/5-64bb06f48411b6d14417c75b7ffb0d98.mp3?version_id=1613,"Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene, eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene. Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o. Mele be woase nya vlowo, gbegblẽnyawo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o, ke boŋ akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta. Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla. Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo. Eya ta migade ha kple ame siawo ƒomeviwo o. Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene. (Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe), eye midi nu siwo dzea Aƒetɔ la ŋu. Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go. Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti. Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la, dzena wokpɔna, elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.” Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃. Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu. Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me. Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene. Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela. Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo hã nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me. Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me, ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o. Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui. Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene, elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye. “Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.” Esia nye nukunu gã aɖe, gake mele nu ƒom tso Kristo kple hame la ŋuti. Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/EPH/6-573f245bec63869f80d76c643a919e90.mp3?version_id=1613,"Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. “Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, “be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.” Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me. Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔ siwo le anyigba dzi, mide bubu wo ŋu le vɔvɔ̃ me. Misubɔ wo le anukware blibo me abe ale si miasubɔ Kristo ene. Miɖo to wo, menye ɖe esi woakpɔ ŋudzedze le mia ŋu ta o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso miaƒe dzime ke ene. Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene, ke menye amegbetɔ o, elabena mienya be Aƒetɔ la ana fetu ame sia ame ɖe eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta, eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o. Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o. Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la. Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me. Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe. Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta, eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la. Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae. Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi. Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta. Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo, nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui. Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple dɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la agblɔ nya sia nya na mi, be miawo hã mianya nu tso ŋunye kple nu si wɔm mele. Susu sia dzaa ta ko mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be mianya ale si míele, eye be wòade dzi ƒo na mi. Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi. Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/1-717b03c2af528f4699c02e933611561d.mp3?version_id=1613,"Le Yosua ƒe ku megbe la, Israel dukɔ la yi Yehowa gbɔ be wòana eƒe ɖoɖowo yewo. Wobia Yehowa be, “Mía dometɔ kae anye ƒome gbãtɔ si aho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe to lae eye mana wòaɖu dzi.” Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu. Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek. Wokpɔ Fia Adoni Bezek le afi ma eye wowɔ aʋa kplii, ke Adoni Bezek si eye wokplɔe ɖo, lée eye wolã eƒe degblefetsu asitɔwo kple afɔtɔwo siaa. Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma. Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua. Le esia megbe la, Yuda ƒe viwo wɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Negeb ƒe tonyigba dzi kple gbadzaƒe si le ƒuta. Yuda ƒe viwo zɔ ɖe Kanaantɔwo dzi le Hebron, afi si woyɔna tsã be Kiriat Arba eye wogbã du siawo: Sesai, Ahiman kple Talmai. Emegbe wodze Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la dzi. Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a. Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?” Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ. Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi. Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.” Yuda ƒe viwo xɔ Gaza, Askelon kple Ekron kple wo ŋu kɔƒewo. Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si. Wotsɔ Hebron du la na Kaleb le Yehowa ƒe ŋugbedodo nu, ale Kaleb nya dua me tɔwo, ame siwo nye Anak ƒe vi etɔ̃awo ƒe dzidzimeviwo. Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe. Azɔ la Yosef ƒe aƒe la dze Betel dzi eye Yehowa nɔ kpli wo. Esi woɖo amewo ɖa be woatsa ŋku le Betel si woyɔna tsã be Luz la, ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.” Efia mɔ wo. Ale wowu dua me tɔwo katã kple yi negbe ŋutsu la kple eƒe ƒome blibo la ko. Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe. Ke Manase ƒe viwo menya ame siwo nɔ Bet Sean, Taanak, Dor alo Ibleam alo Megido kple ame siwo nɔ wo ŋu kɔƒewo me la o elabena Kanaantɔwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ anyigba ma dzi. Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ la, wote Kanaantɔ ɖe anyi be woawɔ dzizizidɔ na yewo, gake womenya wo keŋkeŋ o. Nenema ke Efraim ƒe viwo hã menya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la o, ke boŋ Kanaantɔwo nɔ wo dome. Zebulɔn ƒe viwo hã menya Kanaatɔ siwo nɔ Kitron alo Nahalol la o, ke boŋ wotsi wo dome eye Israelviwo na wowɔ dzizizidɔ na wo. Aser ƒe viwo menya ame siwo nɔ Ako, Sidon, Ahlab, Akzib, Helba, Afek kple Rehob o. Le esia ta la, Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome elabena womenyã wo ɖa o. Nenema ke Naftali ƒe viwo hã menya ame siwo nɔ Bet Semes alo Bet Anat o, ke boŋ Naftali ƒe viwo hã nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome. Ke wona ame siwo nɔ Bet Semes kple Bet Anat la zu dzizizidɔwɔlawo na wo. Amoritɔwo xe mɔ na Dan ƒe viwo ale be wona wotsi tonyigba la dzi eye womena mɔ wo kura be woaɖiɖi ava balime la o. Amoritɔwo ɖoe kplikpaa hã be Heres tɔ, Aiyalon kple Saalbim nanɔ yewoƒe asi me, gake esi Yosef ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi ɖe edzi la, woawo hã zi Amoritɔwo dzi be woawɔ dzizizidɔ na yewo. Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim to dzi mɔ gã la gbɔ yi ɖe Sela kple egodo ke." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/2-bceb93598cbb32a28f06afba4e4ce2ed.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o, ne miawɔ ɖeka kple ame siwo le anyigba sia dzi o. Megagblɔ na mi be, miagbã woƒe vɔsamlekpuiwo, ke nu ka ta mieɖo tom o? Esi miegbe míaƒe nubabla la dzi wɔwɔ ta la, nubabla la megabla nye hã o eya ta nyemagado ŋugbe be matsrɔ̃ dukɔ siwo le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ woanye ŋu anɔ axadame na mi eye woƒe mawuwo anye tetekpɔ na mi ɣe sia ɣi.” Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo. Ale wona ŋkɔ teƒe ma be Bokim si gɔmee nye “Avifaƒe” eye wosa vɔ na Yehowa. Esi Yosua ɖe asi le dukɔa ŋu la, ame sia ame yi ɖe eƒe domenyinu si nye anyigba si wòxɔ la dzi. Ameawo subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi siwo nɔ agbe wòdidi wu Yosua la ƒe agbemeŋkekewo me eye wokpɔ nu dzɔatsu siwo katã Yehowa wɔ na Israel. Yosua, Nun ƒe vi, Yehowa ƒe dɔla ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo, eye woɖii ɖe anyigba si ƒe dome wònyi le Timnat Heres le Efraim ƒe tonyigba dzi le Gaas to la ƒe anyiehe. Mlɔeba la, dzidzime mawo katã ku. Dzidzime si kplɔ wo ɖo la menya Yehowa loo alo nu siwo wòwɔ na Israel o. Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo. Woɖe asi le Yehowa, ame si nye wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe mawuwo. Wodo dɔmedzoe na Mawu elabena wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo. Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o. Ne Israelviwo yi aʋa wɔ ge la, Yehowa megakpena ɖe wo ŋu o ale woɖua wo dzi abe ale si wòka atam na wo la ene eya ta wonɔ xaxa gã aɖe me. Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃lawo na wo, ame siwo ɖe wo tso adzoha siawo ƒe asi me. Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo. Ne Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃la aɖe na wo la, enɔa anyi kple Ʋɔnudrɔ̃la ma, eye wòɖea wo tso woƒe futɔwo ƒe asi me zi ale si Ʋɔnudrɔ̃la ma le agbe elabena Yehowa kpɔa nublanui na wo ne wole ŋeŋem le ame siwo le wo tem ɖe anyi, le funyafunya wɔm wo la ƒe kɔkuti te. Ke ne Ʋɔnudrɔ̃la ma ku la, ameawo galéa mɔ siwo vɔ̃ɖi wu wo fofowo tɔ la tsɔna, eye wodzea mawu bubuwo yome, dea ta agu na wo hesubɔa wo. Wogbe be yewomaɖe asi le woƒe nuwɔna kple mɔ vɔ̃ɖiwo ŋuti o. Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la, nyemaganya dukɔ siwo Yosua metsrɔ̃ hafi ku o la le wo ŋgɔ o; ke boŋ mawɔ dukɔ siawo ŋu dɔ, ado nye dukɔ, Israel kpɔ, ale be manya ne woaɖo to Yehowa azɔ le eƒe mɔ dzi abe wo fofowo ene loo alo womaɖo toe o.” Ale Yehowa gblẽ dukɔ siawo ɖe anyigba la dzi; menya wo ɖa zi ɖeka to wo tsɔtsɔ de asi na Yosua me o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/3-177de8c547d0ad39d9ed71c68e4298d9.mp3?version_id=1613,"Ale Yehowa gblẽ dukɔ aɖewo ɖe anyigba la dzi be yeado Israelvi siwo mekpɔ aʋawɔwɔ le Kanaanyigba dzi teƒe o la kpɔ. Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o. Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu. Wonye dodokpɔ na Israel be woakpɔe ɖa be Israelviwo awɔ se siwo Yehowa de na Mose, wòde na wo dzi loo alo womawɔ wo dzi o mahã. Ale Israel nɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo dome. Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o. Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu vevie eye wòna Kusan Risataim si nye Aram Naharaim fia va ɖu wo dzi eye wonɔ eƒe dziɖuɖu te ƒe enyi. Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi. Ale Israelviwo nɔ ŋutifafa me ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime Otniel, Kenaz ƒe vi la ku. Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Esi wowɔ vɔ̃ sia ta la, Yehowa tsɔ Israel de Moab fia Eglon ƒe ŋusẽ te. Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du” eya ta Israel nɔ Eglon, Moab fia la te ƒe wuienyi sɔŋ. Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ. Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi. Etsɔ nudzɔdzɔ yi na Moab Fia, Eglon, ame si lolo ŋutɔ. Esi Ehud tsɔ nudzɔdzɔ na fia la la, egblɔ na Israelvi siwo tsɔ nuawo la be woatrɔ ayi aƒe. Ke Ehud ŋutɔ trɔ le Gilgal ƒe legbawo gbɔ yi ɖagblɔ na fia la be, “O fia, nya ɣaɣla tɔxɛ aɖe le asinye na wò.” Tete fia la gblɔ na eŋumewo katã be, “Mizi ɖoɖoe!” Ale wo katã do go le xɔa me. Ehud yi egbɔ le dziƒoxɔ dzi afi si eya ɖeka nɔ anyi ɖo le eƒe dzomeŋɔlifiasã me hegblɔ nɛ be, “Mexɔ gbedeasi tso Mawu gbɔ na wò” Esi Fia la tsi tsitre tso eƒe zi dzi la, Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me. Adekpui la ƒe didime blibo la ga la kple asiléƒe la siaa bu ɖe lãme na Fia Eglon hedo ɖe dzimegbe nɛ. Ehud meho aɖekpui la do goe o, eye eƒe lãmemi nye tsyɔ edzi. Ale Ehud do go ɖe akpata me hetu dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo eye wode ga wo me. Esi fia la ƒe subɔlawo kpɔ be ʋɔa nɔ tutu la, wolala, elabena wobu be ɖewohĩ fia la nɔ tsileƒe. Ke esi eteƒe didi, eye fia la medo go o la, dzika tso wo ƒo, ale wodi safui aɖe heʋu ʋɔ la, kasia wokpɔ fia la wòku, mlɔ anyigba. Le ɣeyiɣi sia me la, Ehud si heto kpelegba siwo wokpa da ɖe Seira la ŋu. Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ. Egblɔ na wo be, “Mikplɔm ɖo elabena Yehowa tsɔ míaƒe futɔwo, Moabtɔwo de asi na mí!” Aʋakɔ la yi ɖaxɔ afi si Moabtɔwo tsoa Yɔdan tɔsisi la le, eye woxe mɔ na woƒe tɔsisi la tsotso. Wodze Moabtɔwo dzi eye wowu woƒe aʋawɔla sesẽ akpe ewo; wo dometɔ aɖeke mete ŋu si o. Ale Israel ɖu Moab dzi gbe ma gbe, eye ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaenyi sɔŋ. Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/4-ec750435957136bb681b43c654cc16eb.mp3?version_id=1613,"Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, le Ehud ƒe ku megbe eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim. Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖe yewo. Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃. Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo. Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi. Mable Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ayi Kison tɔsisi la toe eye matsɔ wo ade asi na wò le afi ma.’ ” Barak ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be wò ŋutɔ àyi kplim la, ekema mayi gake ne màyi kplim o la, nyemayi o.” Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak, afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo (10,000) dze eyome eye Debora hã yi kplii. Azɔ Kenitɔ, Heber, dzo le Kenitɔ bubuawo dome, ame siwo nye Mose toa, Hobab ƒe dzidzimeviwo eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe ati gã si le Zaananim, esi te ɖe Kedes ŋu la gbɔ. Esi wogblɔ na Sisera be Barak, Abinoam ƒe vi, yi Tabɔr toa dzi la eƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu, si si gatasiaɖam alafa asiekɛ (900) nɔ, eye woɖe zɔ tso Haroset Hagoyim yi Kison tɔsisi la to. Debora gblɔ na Barak be, “Yi! Le egbeŋkeke sia dzi, Yehowa tsɔ Sisera de asiwò me. Ɖe Yehowa medze ŋgɔ na wò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabɔr to la dzi eye ŋutsu akpe ewoawo nɔ eyome. Esi Barak zɔ gbɔna la, Yehowa de tɔtɔ Sisera, eƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔ la dome kple yi eye Sisera ŋutɔ ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si. Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome va se ɖe Haroset Hagoyim ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ la katã tsi yi nu, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o. Sisera si yi ɖaɣla eɖokui ɖe Yael, ame si nye Heber, Kenitɔ la, srɔ̃ ƒe agbadɔ me elabena nusɔsɔe nɔ Fia Yabin, Hazor fia kple Heber ƒe hlɔ̃ la dome. Yael do go yi ɖakpe Sisera eye wògblɔ nɛ be, “Amegã, va nye agbadɔ me, makpɔ tawò eye ànɔ dedie eya ta mègavɔ̃ o.” Ale Sisera yi ɖamlɔ agbadɔ la me eye Yael tsyɔ kundru nɛ. Sisera gblɔ na Yael be, “Meɖe kuku, tsikɔ le wuyem, na tsim mano.” Yael na notsii wòno eye wògatsyɔ kundru la nɛ. Sisera gblɔ na Yael be, “Tsi tre ɖe wò agbadɔ la ƒe mɔnu eye ne ame aɖe va le diyem la, gblɔ nɛ be, ame aɖeke mele afi sia o.” Yael tsɔ agbadɔ la ƒe tsyoti tsutsɔe aɖe kple zu, te ɖe Sisera ŋu dzaa esi wònɔ alɔ̃ me, eye wòƒo tsyoti la ɖe eƒe to me wòdo to to evelia me hemimi eƒe ta ɖe anyigba. Ale Sisera ku, elabena ɖeɖiteameŋu na wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Esi Barak va nɔ Sisera dim yina la, Yael yi ɖado goe hegblɔ nɛ be, “Va mafia ame si dim nèle la wò.” Ale Barak dze eyome yi agbadɔ la me. Ekpɔ Sisera wòku ɖe afi ma eye tsyoti la nɔ to me nɛ. Ale Mawu wɔ Israel ŋu dɔ hebɔbɔ Kanaan fia Yabin ɖe anyi le Israelviwo ŋkume. Tso gbe ma gbe dzi la, Israelviwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖe Yabin, Kanaan fia ŋu va se ɖe esime wotsrɔ̃ eƒe amewo vɔ keŋkeŋ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/5-dbff3b753fda1a6ed50caaf386e589ac.mp3?version_id=1613,"Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti. “Mikafu Yehowa! Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe. Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe! Ɛ̃, mikafu Yehowa! “Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo, mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu, tso Israel ƒe Mawu la ŋu. Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir Heto Edom ƒe anyigba dzi la, anyigba dzo nyanyanya, dziƒo nu ʋu eye tsi dza. Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume! “Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me, asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o. Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ. Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo. Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada. Esime Israel dze mawu bubuwo yome la, futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura le Israelvi akpe blaene dome o! Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta, ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa! Mikafu Yehowa! “Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, mikpe ta, miakafui. Hadzila siwo le kɔƒewo me, ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti. Wodzia ha enuenu tso ale si Yehowa ɖe Israel kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu! Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me! Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha! Oo, Barak, tsi tsitre! Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe! “Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ; Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ. Wotso Efraimnyigba dzi va balimea le Benyamin ƒe viwo megbe. Aʋakplɔlawo va tso Makir aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak, ɖiɖi ɖe balime la le Mawu ƒe ɖoɖo nu. Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o. Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum? Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome: ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia? Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ? Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo? Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi. Kanaan fiawo wɔ aʋa le Taanak kple Megido vudowo gbɔ, ke womeɖu futɔwo dzi o. Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo wɔ aʋa kple Sisera. Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo kplɔ wo dzoe. Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ! Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa! Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa! Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu wɔ aʋa kple futɔwo o.’ “Woayra Yael, Heber, Kenitɔ la srɔ̃ woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te. Sisera bia tsii eye wòna nyinotsii eye wòtsɔ nyinotsi babla ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ. Edo eƒe asi ɖa tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu, edae ɖe Sisera dzi hegbã ta nɛ, eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu Sisera dze anyi ɖe Yael ƒe afɔ nu etsi afi si wòdze anyi ɖo. Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu, afi si wòmu ɖo la, afi mae wòdze anyi ɖo eye afi mae wòku ɖo. “Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm tso fesrenuvɔ la megbe edo ɣli be, ‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o? Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’ Eƒe nyɔnu ɖeka si dze nunya wu wo katã la, ɖo eŋu nɛ, vavã, enɔ gbɔgblɔm na eɖokui ɣe sia ɣi be, ‘Ɖe menye afunyinu geɖe lɔm wole hele mamam nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe, atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera abe nuhaha ene, atsyɔ̃ɖowu siwo to wolɔ̃ nu ɖo, wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie be woadze kɔme nam eye esiawo katã nanye nuhaha oa?’ “Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la, na be woanɔ abe ɣe ene ne edze le eƒe ŋusẽ me!” Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/6-d5a352746277967b78bcdf72c801db01.mp3?version_id=1613,"Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye ƒe adre sɔŋ wòtsɔ wo de asi na Midiantɔwo. Midiantɔwo ƒe asi sẽ ɖe Israelviwo dzi ale gbegbe be Israelviwo wɔ bebeƒewo na wo ɖokuiwo ɖe towo tome, agadowo me kple sitsoƒewo. Ne Israelviwo ƒã nukuwo la, Midiantɔwo, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒetɔ bubuwo vana dzea Israelviwo dzi. Woƒua asaɖa anyi ɖe anyigba la dzi, gblẽa nukuawo yi keke Gaza ke eye womegblẽa nu gbagbe aɖeke ɖi na Israelviwo o, alẽwo loo, nyiwo loo alo tedziwo o. Wovana kple woƒe lãhawo kple woƒe agbadɔwo abe ʋetsuviwo ene. Mele bɔbɔe be woaxlẽ ŋutsuawo kple woƒe kposɔwo o. Wovana dzea anyigba la dzi be woagblẽe keŋkeŋ. Midiantɔwo na Israelviwo da ahe ale gbegbe be wodo ɣli na Yehowa be wòaxɔ na yewo. Esi Israelviwo do ɣli na Yehowa le Midiantɔwo ta la, edɔ Nyagblɔɖila aɖe ɖa, ame si gblɔ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Mekplɔ mi do goe tso Egipte le kluvinyenyenyigba dzi. Meɖe mi le Egipte ƒe ŋusẽ te kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la ƒe asi me. Menya wo ɖa le mia ŋgɔ eye metsɔ woƒe anyigba na mi. Megblɔ na mi be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, migasubɔ Amoritɔwo ƒe mawuwo, ame siwo ƒe anyigba dzi miele la o, gake mieɖo tom o.’ ” Gbe ɖeka la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va nɔ anyi ɖe oɖumti la te le Ofra, le Yoas, Abiezritɔ la ƒe agble me. Yoaz ƒe vi, Gideon, ɣla eɖokui ɖe wainfiaƒe aɖe le vɔvɔ̃ na Midiantɔwo ta eye wònɔ lu klẽm kple asi. Yehowa ƒe dɔla la ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!” Gideon ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ne Yehowa la li kplim la, ekema nu ka ta nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi? Gawu la, afi ka eƒe nukunu siwo katã ŋu mía fofowo ƒo nu na mí tsoe esi wogblɔ be, ‘Ɖe Yehowa mekplɔ mí do goe tso Egipte oa?’ la le? Ke azɔ la Yehowa gblẽ mí ɖi.” Yehowa trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Yi le wò ŋusẽ me eye nàɖe Israel tso Midiantɔwo ƒe asi me. Ɖe nyemele dɔwòm oa?” Ke Gideon ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, aleke nye ame gblɔe sia mate ŋu aɖe Israel? Nye hlɔ̃e nye hlɔ̃ gblɔetɔ le Manase ƒe to blibo la me eye nyee nye ame gblɔetɔ kekeake le nye ƒome blibo la me!” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Manɔ kpli wò eye nàtsrɔ̃ Midiantɔwo katã abe ame ɖekae wonye ene!” Gideon ɖo eŋu be, “Ke azɔ la, ne mekpɔ amenuveve le wò ŋkume la, na dzesim ne manyae be wòe le nu ƒom nam vavã. Taflatse, mègadzo o va se ɖe esime maɖatsɔ nye nuɖuɖu ava ɖo wò ŋkume.” Eye Yehowa ɖo eŋu be, “Malala wò va se ɖe esime nàtrɔ agbɔ.” Gideon ɖe abla yi aƒe me, wu gbɔ̃vi aɖe, mee eye wòtsɔ wɔ lita blaeve-vɔ-eve ƒo abolo maʋamaʋãe; etsɔ lã la ɖe kusi me eye wòtsɔ detsia ɖe ze me heyi na Mawudɔla la le oɖumti la te. Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ lã la kple abolo maʋamaʋã la da ɖe agakpe ma dzi eye nàtrɔ detsi la kɔ ɖe edzi.” Esi Gideon wɔ alea la, Mawudɔla la tsɔ eƒe atikplɔ ƒe nugbɔ ka lã la kple abolo maʋamaʋã la ŋu. Kasia dzo bi tso agakpe la me eye wòfia lã la kple abolo la! Tete Yehowa ƒe dɔla la bu vĩi. Esi Gideon dze sii be Yehowa ƒe dɔlae yekpɔ la, edo ɣli be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa! Mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋkume kple ŋkume!” Ke Yehowa gblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Mègavɔ̃ o. Mèle kuku ge o.” Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi. Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Yehowa gblɔ na Gideon be, “Lé fofowò ƒe nyitsu gã ɖeka kple nyitsu bubu si xɔ ƒe adre. Gbã fofowò ƒe vɔsamlekpui si wòɖi na Baal eye nàho aƒeli si le exa la ƒu anyi Azɔ la ɖi vɔsamlekpui bubu na Yehowa, wò Mawu la ɖe togbɛ sia dzi. Tsɔ nyitsu evelia wɔ numevɔsae eye nàtsɔ aƒeli si nèho la wɔ nakee na vɔsa la.” Gideon kplɔ eƒe subɔla ewo ɖe asi eye wòwɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Ewɔ nu siawo le zã me elabena enɔ fofoa ƒe aƒemetɔwo kple dua me tɔwo siaa vɔ̃m elabena enya nu si woawɔ ne wonya ame si wɔ nu siawo. Le ŋdi esime dua me ŋutsuwo fɔ la, wokpɔ be wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui, heho aƒeli si le exa la ƒu anyi eye wokpɔ be wotsɔ nyitsu bubu sa vɔe le vɔsamlekpui yeye la dzi! Amewo de asi biabia me be, “Ame kae wɔ nu sia?” Esi woku nya la gɔme nyuie la, wogblɔ na wo be, “Yoas ƒe viŋutsu, Gideon ye wɔe.” Dua me ŋutsuwo bia tso Yoas si be, “Kplɔ viwò ŋutsu la do goe; edze na ku elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui eye wòho aƒeli si le exa la ƒu anyi.” Yoas ɖo eŋu na ameha si ƒo xlãe le adã fiam la be, “Miawoe awɔ aʋa ɖe Baal nua? Ɖe miele agbagba dzem be miaxɔ nɛa? Woawu ame si awɔ avu ɖe enu le ŋdi! Ne Baal nye mawu tututu la, aʋli eɖokui ta ne ame aɖe gbã eƒe vɔsamlekpui.” Tso gbe ma gbe dzi la, wona ŋkɔ Gideon be, “Yerubaal” si gɔmee nye “Baal newɔ avu kplii.” Elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui. Azɔ la, Midiantɔwo katã, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒe dukɔ bubuwo wɔ ɖeka eye wotso Yɔdan tɔsisi la va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel balime. Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Gideon dzi. Eku kpẽ yɔ Abiezeritɔwo be woadze ye yome. Edɔ dɔlawo wotsa le Manase, yɔ ameawo be woabla akpa eye wòɖe Aser, Zebulon kple Naftali hã be woawo hã nayi aɖado go wo. Gideon gblɔ na Mawu be, “Ne àto nye asi dzi aɖe Israel abe ale si nèdo ŋugbe ene la kpɔ ɖa, matsɔ alẽgbalẽ sia ada ɖe lugbɔƒe la; nenye be zãmu dza ɖe alẽgbalẽ la ko dzi le esime anyigba la le ƒuƒui la, ekema manyae be àɖe Israel to nye asi dzi abe ale si nègblɔ ene.” Eva eme nenema tututu! Esi Gideon fɔ ŋdi la, etsɔ alẽgbalẽ la, fiae eye zãmu si dza ɖe edzi la yɔ gagbɛ ɖeka. Gideon gagblɔ na Mawu be, “Mègado dɔmedzoe ɖe ŋunye o, ke boŋ ɖe mɔ nam magabia nu bubu ɖeka ko. Ɖe mɔ nam be magatsɔ alẽgbalẽ la awɔ dodokpɔ ɖekae. Fifia la, na alẽgbalẽ la nanɔ ƒuƒuie eye zãmu nadza ɖe anyigba dzi aƒo xlãe.” Le zã ma me la, Mawu wɔ nenema tututu. Alẽgbalẽ la ɖeɖe nɔ ƒuƒuie, ke zãmu dza ɖe anyigba si ƒo xlãe la ya dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/7-5c0788d3187417d87b73f7a9731ebbf8.mp3?version_id=1613,"Gideon, ame si wogayɔna be Yerubaal kple eƒe aʋakɔ fɔ ŋdi kanya heyi keke Harɔd vudo la gbɔ. Midiantɔwo ƒe aʋakɔ ƒo ƒu ɖe Gideon ƒe aʋakɔ ƒe anyiehe lɔƒo le balime si le More to la gbɔ xa. Yehowa gblɔ na Gideon be, “Wò aʋakɔ la sɔ gbɔ akpa! Nyemaɖe mɔ mi katã miawɔ aʋa kple Midiantɔwo o, elabena Israelviwo ava ƒo adegbe nam be, ‘Míawoe ɖe mía ɖokuiwo to míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me’ Ɖo wò ame siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo dzidzi ƒo la ɖe aƒe.” Ale ame akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) trɔ dzo eye ame akpe ewo (10,000) siwo nɔ klalo na aʋawɔwɔ koe susɔ. Yehowa gagblɔ na Gideon be, “Ameawo sɔ gbɔ akpa. Kplɔ wo yi tɔ la to, ekema mafia ame siwo ayi kpli wò kple esiwo mayi o la wò. Ne megblɔ be, ‘Ame sia nayi kpli wò la’ ekema ayi, ke ne megblɔ be, ‘Ame sia mayi kpli wò o la’ ekema mayi o.” Gideon kplɔ wo yi tɔ la gbɔ eye Yehowa gblɔ na Gideon be, “Ame siwo akpe nu ɖe tsi me eye woano tsi abe avu ene la, nanɔ hatsotso ɖeka me eye ame siwo adze klo eye woaku tsia kple asi ano la hã nanɔ hatsotso bubu me.” Ewɔ nenema eye ame siwo ku tsia kple asi heno la nɔ ame alafa etɔ̃ (300), ame bubuawo katã nye ame siwo dze klo heno tsia abe avu ene. Yehowa gblɔ na Gideon be, “Maɖu Midiantɔwo dzi kple ame alafa etɔ̃ (300) siawo! Na ame mamlɛawo natrɔ ayi aƒe!” Gideon xɔ anyikpluawo kple kpẽawo le Israelviwo si, ɖo wo ɖe aƒe eye ame alafa etɔ̃awo (300) koe tsi anyi. Midiantɔwo ƒo ƒu ɖe balime si le Gideon te. Aƒetɔ la gblɔ na Gideon le zã me be, “Fɔ kaba! Kplɔ wò aʋawɔlawo, eye miadze Midiantɔwo dzi elabena mana miaɖu wo dzi! Ke ne èle vɔvɔ̃m la, ekema wò ɖeka yi futɔwo ƒe asaɖa la me, kplɔ wò subɔla Pura ɖe asi, eye nàɖo to nya siwo gblɔm futɔwo le, ekema dzi aɖo ƒowò, eye nàtso enumake ɖe aʋa la wɔwɔ ŋu!” Ale Gideon kplɔ Pura ɖe asi eye wowɔ ɖɔɖɔɖɔ yi futɔwo ƒe nɔƒe. Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kple dukɔ bubuwo tso ɣedzeƒe ƒo ƒu ɖe balime la abe ʋetsuviwo alo ƒutake ene eye woƒe kposɔwo sɔ gbɔ wu xexlẽ. Gideon te ɖe agbadɔ aɖe ŋu esime futɔwo dometɔ ɖeka ku drɔ̃e, ɖi vo, nyɔ tso alɔ̃ me teti henɔ drɔ̃e la lĩm na nɔvia. Egblɔ be, “Meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe, abolo gã aɖe mli ge ɖe míaƒe asaɖa la me eye wòlɔ míaƒe agbadɔ la ƒu anyi gbloo!” Ame evelia gblɔ be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le wò drɔ̃e la si. Gideon, Yoas ƒe vi, Israel ŋutsu la ava tsrɔ̃ Midiantɔwo kple dukɔ bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe aʋakɔwo katã.” Gideon se drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe. Nu si ko wòte ŋu wɔ lae nye etsi tsitre ɖe afi ma eye wòkafu Mawu! Azɔ etrɔ enumake yi Israelviwo ƒe asaɖa me eye wòdo ɣli be, “Mifɔ kaba elabena Yehowa ana míaɖu Midiantɔwo ƒe aʋakɔ gã siawo dzi!” Gideon ma ame alafa etɔ̃ la ɖe akpa etɔ̃ me, tsɔ kpẽ kple anyikplu si me akakati le la na ame sia ame. Ke eɖe eƒe ɖoɖowo me na wo hegblɔ be, “Ne míeva ɖo futɔwo ƒe asaɖaŋudzɔlawo gbɔ la, miwɔ nu si tututu mawɔ. Ne nye kple nye amewo míeku míaƒe kpẽwo ko la, miawo hã miku mia tɔwo le asaɖa la ƒe akpa ɖe sia ɖe eye miado ɣli sesĩe be, ‘Míele aʋa wɔm na Mawu kple Gideon!’ ” Ale Gideon kple ame alafa ɖeka siwo nɔ eŋu la ɖo Midiantɔwo ƒe asaɖa la ƒe gbɔto le zãtitina esime woɖɔli dzɔlawo teti. Woku woƒe kpẽwo eye wogbã anyikplu siwo le wo si. Aʋalɔgo etɔ̃awo me nɔlawo hã ku kpẽawo, gbã woƒe anyikpluwo, lé akakatiawo ɖe mia eye wolé kpẽawo ɖe ɖusi hena kuku. Wodo ɣli sesĩe be, “Esia nye yi na Yehowa kple Gideon!” Esi Gideon ƒe ameawo ɖe to ɖe asaɖa la la, Midiantɔwo katã lé du tsɔ eye wonɔ ɣli dom esime wonɔ dua dzi. Esi ame alafa etɔ̃awo (300) ku kpẽawo la, Yehowa de zi asaɖa la me be wotsɔ yi ɖe wo nɔewo ŋu. Woƒe asrafowo si yi ɖe Bet Sita ɖo ta Zerera gbɔ va se ɖe keke Abel Mehola si te ɖe Tabat ƒe liƒo dzi ke. Woyɔ Israelvi siwo tso Naftali, Aser kple Manase la, wodo go eye woti Midiantɔwo yome. Gideon dɔ dɔlawo wotsa le Efraim tonyigba la katã dzi nɔ gbɔgblɔm be, “Miɖi va dze Midiantɔwo dzi eye miaxe mɔ na woƒe Yɔdan tɔsisi la tsotso va se ɖe keke Bet Bera ke.” Ale woyɔ Efraim ŋutsuwo katã do goe eye woxe Yɔdan ƒe tɔtsoƒewo katã va se ɖe Bet Bera ke. Israelviwo lé Midiantɔwo ƒe aʋafia eveawo, Oreb kple Zeb. Wowu Oreb le agakpe si wotsɔ eƒe ŋkɔ na eye woyɔnɛ fifia be Oreb la gbɔ eye wowu Zeb le wainfiaƒe si woyɔna fifia be Zeb. Woti Midiantɔwo yome eye wotsɔ Oreb kple Zib ƒe tawo vɛ na Gideon le Yɔdan tɔsisi la godo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/8-2c5d4fda3fac21426252cfb19c264cc1.mp3?version_id=1613,"Efraim ƒe towo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe Gideon ŋu, wobiae be, “Nu ka ta mèɖo du ɖe mí enumake esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu o?” Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa? Mawu na mielé Oreb kple Zeb, Midiantɔwo ƒe aʋafiawo! Nu kae mewɔ si woatsɔ asɔ kple nu gã si miawo miewɔ?” Gideon ƒe nya siawo na Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlawo ƒe dzi fa. Gideon tso Yɔdan tɔsisi la azɔ kple eƒe aʋawɔla alafa etɔ̃awo (300). Ɖeɖi te wo ŋu gake woganɔ futɔwo nyam kokoko. Esi wova ɖo Sukɔt la, Gideon gblɔ na Sukɔt ƒe amewo be ɖeɖi te yewo ŋu le Midian fiawo, Zeba kple Zalmuna nyanya me eya ta woana nuɖuɖu yewo. Ke Sukɔt ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be “Ɖe miaƒe asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxoa? Ne míena nuɖuɖu mi eye miete ŋu lé wo o la, woatrɔ ava wu mí.” Gideon gblɔ na wo be, “Ne Aƒetɔ la tsɔ wo de asi nam la, ekema matrɔ ava eye matsɔ aŋɔka ƒe ŋuwo adze ŋuti na mi.” Ale Gideon tso eme yi ɖabia nuɖuɖu le Penuel eye woawo hã gblɔ abe Sukɔt ƒe amewo ke ene. Gideon gagblɔ na woawo hã be, “Ne aʋa siawo wɔwɔ nu tso la, matrɔ ava eye magbã mɔ sia aƒu anyi.” Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ (15,000) va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000) xoxo. Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o. Fia eveawo si gake Gideon kplɔ wo ɖo va se ɖe esime wòlé wo eye wòtsrɔ̃ aʋakɔ blibo la. Le esia megbe la, Gideon to mɔ si to Heres mɔ la gbɔ hetrɔ gbɔ. Elé ɖekakpui aɖe tso Sukɔt eye wòzi edzi be wòaŋlɔ Sukɔt ƒe kplɔlawo kple mawunua blaadre-vɔ-adreawo ŋkɔ na ye. Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.” Tete wòlé dumemetsitsiawo eye wòtsɔ aŋɔkawo kple ŋuwo fia nunya woe. Emegbe la, Gideon yi Penuel hã, gbã mɔ la ƒu anyi eye wòwu ŋutsuwo katã le dua me. Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.” Gideon do ɣli be, “Nɔvinyewo kokoko woanye! Meka atam be, ne menye ɖe miewu wo o la, anye ne nyemawu mi o.” Azɔ Gideon ɖe gbe na Via ŋutsu tsitsitɔ, Yeter, be wòawu wo. Ke Yeter metsi o eya ta enɔ vɔvɔ̃m be yeawu wo. Zeba kple Zalmuna gblɔ na Gideon be, “Wò ŋutɔ wu mí elabena ŋutsue wɔa ŋutsu ƒe dɔ!” Ale Gideon wu wo eye wòɖe kɔgɛwo le kɔ na woƒe kposɔwo. Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.” Ke Gideon ɖo eŋu na wo be, “Nye ŋutɔ loo alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowa aɖu fia ɖe mia dzi.” Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo. Woɖo eŋu be, “Míana wo kple dzidzɔ.” Ale woɖo avɔ ɖe anyigba eye wo dometɔ ɖe sia ɖe da sikatogɛ si nɔ eƒe afunyinuwo me la ɖe edzi. Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o. Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la. Ale Israelviwo bɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Ale ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaene sɔŋ le Gideon ƒe agbenɔɣi. Yerubaal, Yoas ƒe vi, trɔ yi ɖanɔ wo de. Viŋutsu blaadre nɔ esi elabena eɖe srɔ̃ geɖewo. Ahiãvi aɖe hã nɔ esi le Sekem, ame si ha dzi ŋutsu aɖe nɛ, si wòna ŋkɔe be Abimelek. Gideon, Yoas ƒe vi, tsi, zu amegãɖeɖi aɖe hafi ku. Woɖii ɖe fofoa, Yoas ƒe yɔdo me le Ofra le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi. Esi Gideon ku teti ko la, Israelviwo gadze Baalwo yome. Woli Baal Berit anyi abe woƒe mawu ene eye Israelviwo meɖo ŋku Yehowa, woƒe Mawu, ame si ɖe wo tso futɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe asiwo me dzi o. Nenema ke wogbe dɔmenyowɔwɔ na Yerubaal, ame si tso Gideon ƒe ƒome la me togbɔ be Gideon wɔ nu nyui geɖewo na wo hã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/9-9899394e8e232152c716f04dbfe97089.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem eye wòdo susu sia ɖe wo gbɔ be: Alekee, anyo na mi be Yerubaal ƒe vi blaadre sɔŋ naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo be nye Abimelek, ame si nye mia vi ŋutɔŋutɔ la naɖu fia ɖe mia dzia, miyi ɖabia dumemetsitsiawo se. Ale Abimelek nyruiawo yi dumemetsitsiwo gbɔ hetsɔ Abimelek ƒe nya la ɖo woƒe ŋkume. Woɖo be, esi Abimelek dada tso yewoƒe dua me ta la, yewoxɔ Abimelek ƒe nya la. Ale wona gae tso esi wodzɔ le trɔ̃ Baal Berit subɔƒe la me eye fia Abimelek tsɔ ga sia ƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu. Ekplɔ wo yi fofoa ƒe aƒe me le Ofra eye wòna wowu Yerubaal ƒe vi blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi, ke Yerubaal ƒe vi ɖeka, Yotam, koe si ɖaɣla eɖokui. Esia megbe la, Sekemtɔwo kple Betmilɔtɔwo wɔ takpekpe gã aɖe le oɖumti la te le Sekem eye woɖo Abimelek fiae. Esi wogblɔ nya sia na Yotam la, eyi Gerizim to la tame eye wòdo ɣli gblɔ na wo be, “Miɖo tom, mi Sekemtɔwo, ale be Mawu naɖo to mi. Gbe ɖeka la, atiwo kpe ta be woaɖo fia na wo ɖokui. Wogblɔ na amiti be, ‘Ɖu fia ɖe mía dzi.’ “Gake amiti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ amidzidzi, ami si wotsɔna dea bubu mawuwo kple amegbetɔwo ŋu be mava ɖu fia ɖe atiwo dzia?’ “Emegbe la wogblɔ na gboti be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’ “Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’ “Wogblɔ na wainka be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’ “Ke wainka ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ wain si doa dzidzɔ na mawuwo kple amewo siaa la tsetse ale be maɖu fia ɖe atiwo dzia.’ “Mlɔeba la, atiawo katã gblɔ na ŋuti be, ‘Va, nàɖu fia ɖe mía dzi.’ “Ŋuti gblɔ na atiawo be, ‘Ne miaɖom fiae ɖe mia nu vavã la, ekema miva be ɖe nye vɔvɔli te, ke ne menye nenema o la, mina dzo nado tso ŋuti la me ava bi Lebanon ƒe sedatiwo.’ ” Yotam yi edzi be, “Ɖe miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu be mietsɔ Abimelek ɖo fia mahã? Fofonye wɔ aʋa na mi, tsɔ eƒe agbe ke eye wòɖe mi tso Midiantɔwo ƒe asi me, ke mietso ɖe eŋu eye miewu via blaadre le kpe ɖeka dzi. Azɔ la, mietsɔ via Abimelek, ame si nye fofonye ƒe kosi vi la ɖo fiae elabena miaƒe ƒometɔ wònye. Ne mieka ɖe edzi be yewowɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu la, ekema agbe nadidi na mi eye eme nafa na miawo kple Abimelek siaa. Ke ne miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Gideon ŋu o la, ekema Abimelek natsrɔ̃ Sekemtɔwo kple Betmilɔt ƒe amewo eye woawo hã natsrɔ̃ Abimelek!” Azɔ vɔvɔ̃ na nɔvia Abimelek ta la, Yotam si yi ɖanɔ Beer. Le Abimelek ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe etɔ̃ megbe la, Mawu na dzre va dzɔ ɖe Fia Abimelek kple Sekemtɔwo dome, ale Sekemtɔwo tso ɖe fia la ŋu. Le nya siwo va dzɔ me la, wohe to na Abimelek kple Sekemtɔ siwo kpe ɖe eŋu le Yerubaal ƒe vi blaadreawo wuwu me. Sekemtɔwo be ɖe mɔ si yi to la dzi la dzi na Abimelek. Esi wonɔ elalam be wòava yi la, woda adzo ame siwo va to mɔ la dzi yina. Ke ame aɖe fi tofi na Abimelek le nugbe si woɖo ɖe eŋu la ŋuti. Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me. Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me. Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu! Mitsɔm ɖo fiae eye enumake miakpɔ nu si adzɔ ɖe Abimelek dzi! Magblɔ na Abimelek be, ‘Ƒo aʋawɔlawo nu ƒu eye nàho aʋa!’ ” Ke esi dumegã Zebul se nya si Gaal gblɔ la, edo dɔmedzoe. Enumake eɖo du ɖe Abimelek le Aruma be, “Gaal, Ebed ƒe vi kple eƒe ƒometɔwo ʋu va le Sekem eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo be woatso ɖe ŋuwò. Wò kple wò aʋakɔ miva be ɖe gbedzi le zã me eye ne ŋu ke ko la, mige ɖe dua me. Ne Gaal kple eƒe amewo do va kpe mi la, ekema miate ŋu awɔ nu sia nu si dze mia ŋu la kpli wo!” Abimelek kple eƒe amewo zɔ mɔ le zã me, woma ɖe akpa ene me eye wode xa ɖe teƒe vovovowo ƒo xlã dua. Esi ŋu ke, le ŋdi me la, esime Gaal nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo nu henɔ aɖaŋu dem kple dumemetsitsiawo la, Abimelek kple eƒe amewo lũ ɖe dua dzi. Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?” Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!” Gaal yi edzi be, “Kpɔ afi ma nyuie, meka ɖe edzi be mekpɔ amewo le lulũm ɖe mía dzi gbɔna. Kpɔ afi sia hã ɖa, ame bubuwo hã gbɔna; wodze le Meomenim ƒe oɖumti la ŋu!” Tete Zebul biae be, “Afi ka wò numeɖiɖi gbogboawo le azɔ? Ame kae gblɔ be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Abimelek eye nu ka ta wòaɖu fia ɖe mía dzi?’ Ame siwo ŋu nèɖu fewu le eye nèƒo fi de wo la le dua godo fifi laa! Do go nàkpe aʋa kpli wo!” Enumake Gaal kplɔ Sekemtɔwo eye wowɔ aʋa kple Abimelek. Ke Abimelek ƒe amewo ɖu Gaal dzi. Sekemtɔ geɖewo xɔ abi eye womlɔ aʋagbe la dzi va se ɖe keke dua ƒe agbo nu ke. Abimelek nɔ Aruma ɣe ma ɣi. Zebul nya Gaal kple eƒe ƒometɔwo le Sekem eye meɖe mɔ be woaganɔ afi ma o. Le ŋufɔke la, Sekemtɔwo gayi aʋa, ke ame aɖe fi tofi na Abimelek tso woƒe ɖoɖowo ŋu. Ale wòma eƒe aʋawɔlawo ɖe akpa etɔ̃ eye wòɣla wo ɖe gbedzi. Esi Sekemtɔwo do ta ɖa la, Abimelek ƒe amewo dze wo dzi eye wode asi wo wuwu me. Abimelek da aʋalɔgo ɖeka ɖe dua ƒe agbo nu ale be Sekemtɔwo ƒe aʋawɔlawo mate ŋu atrɔ, asi yi dua me o, le esime aʋalɔgo eve bubuawo nɔ wo wum le gbedzi. Wowɔ aʋa ŋkeke blibo la hafi Abimelek te ŋu xɔ du la. Ewu amewo eye wògbã du la. Esi Migdaltɔwo kpɔ nu si dzɔ la, wosi yi mɔ si te ɖe Baal Berit, ƒe subɔƒe la me. Esi Abimelek se be ameawo si yi mɔ la me la, Abimelek yi Zalmɔn to dzi. Efɔ nake lé ɖe abɔta eye wòɖe gbe na eƒe ameawo bena woawɔ nu si tututu yewɔ. Ale ameawo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ nake yi dua me. Abimelek tsɔ eƒe nake tu mɔ la ƒe gli ŋu eya ta ameawo hã wɔ nenema ke. Woli kɔ woƒe nakewo ɖe glia ŋu eye wode dzo nakekɔ la me. Ale ame abe akpe ɖeka ene, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo nɔ mɔ la me la katã ku. Abimelek ho aʋa ɖe Tebez du la ŋu azɔ eye wòxɔe. Mɔ sesẽ aɖe nɔ dua me eya ta dua me tɔwo katã si yi eme. Wotu agbo la heyi mɔ la tame ke henɔ ŋku lém ɖe Abimelek kple eƒe amewo ŋu. Esi Abimelek va mɔ la te eye wònɔ dzadzram ɖo be yeatɔ dzoe la, nyɔnu aɖe ɖe asi le nutukpe gã aɖe ŋu tso mɔ la tame ɖo ɖe anyigba eye kpea ge dze Abimelek dzi eye wogbã ta nɛ. Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku. Esi Israelviwo kpɔ be Abimelek ku la, wokaka yi wo de. Ale Mawu he to na Abimelek le nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe fofoa ŋu, to fofoa ƒe vi blaadreawo wuwu me la ta. Mawu na Sekemtɔwo hã kpe fu ɖe woƒe ŋutasesẽ ta, abe ale si Yotam, Yerubaal ƒe vi gblɔe do ŋgɔ, esi wòƒo fi de wo la ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/10-f81534e94fbafa78b5c7ff6ff24407b5.mp3?version_id=1613,"Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi. Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir. Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve. Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.” Esi Yair ku la, woɖii ɖe Kamon. Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la, edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo, ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to. Wogawɔ aʋa kpli wo le Yuda, Benyamin kple Efraim hã elabena Amonitɔwo tso Yɔdan tɔsisi la va wɔ aʋa kple Israelviwo. Nu sia yi edzi ƒe wuienyi sɔŋ eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɖe nyemeɖe mi tso Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amonitɔwo, Filistitɔwo Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maonitɔwo ƒe asi me oa? Gake miegagblẽam ɖi enuenu eye miesubɔa mawu bubuwo eya ta mibu ɖa le ŋkuta nam! Nyemagaɖe mi akpɔ o. Miyi miado ɣli na mawu yeye siwo mietia! Mina woaɖe mi le miaƒe xaxaɣiwo me!” Israelviwo gaɖe kuku na Mawu be, “Míewɔ nu vɔ̃, he to na mí le mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò la dzi eye nàgaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me ko!” Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa. Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa. Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/11-951cf3f9caab17ff936869afcb0a2080.mp3?version_id=1613,"Yefta nye aʋawɔla sesẽ aɖe tso Gileadnyigba dzi. Dadaa nye gbolo eye fofoa ŋkɔe nye Gilead. Vi bubuwo nɔ Gilead si siwo srɔ̃a ŋutɔ dzi nɛ. Esi Gilead ƒe vi bubu siawo tsi la, wonya Yefta le anyigba la dzi, gblɔ nɛ be, “Nyɔnu bubu ƒe vi nènye! Màkpɔ domenyinu aɖeke tso mía fofo gbɔ o.” Ale Yefta si tso fofoa ƒe aƒe me yi Tobnyigba dzi. Eƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu eye wokplɔnɛ ɖo ɣe sia ɣi. Ɣeyiɣi sia mee Amonitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu. Gilead ƒe kplɔlawo ɖo du ɖe Yefta kple kukuɖeɖe be wòava kplɔ yewoƒe aʋakɔ la le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me. Yefta bia wo be, “Nu ka ta mieva yɔm le esime mielé fum eye mienyam le fofonye ƒe aƒe me? Nu ka tae mieɖo du ɖem azɔ esi miele xaxa me?” Woɖo eŋu be, “Míeɖo du ɖe wò elabena míehiã wò kpekpeɖeŋu. Ne ànye míaƒe aʋafia le míaƒe aʋawɔwɔ me kple Amonitɔwo la, ekema miatsɔ wò aɖo fiae le Gilead.” Yefta do ɣli be, “Nyateƒea? Ɖe miebu be maxɔ nya sia sea?” Woɖo eŋu be, “Míedo ŋugbe na wò eye míeka atam ɖe ŋugbedodo dzi.” Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa. Yefta ɖo du ɖe Amon fia be yedi be yeanya nu si ta wòle aʋa hom ɖe Israelviwo ŋu. Amon fia ɖo eŋu be anyigba la nye Amɔnitɔwo tɔ eye Israelviwo va fii esime wotso Egipte va ɖo. Eyi edzi be anyigba blibo la tso Arnon tɔsisi la ŋu yi Yabok tɔsisi la ŋu heyi Yɔdan tɔsisi la ŋu, eye wònye ye tɔ, eya ta Israelviwo naɖe asi le yeƒe anyigba ŋuti na ye tomefafatɔe. Yefta gaɖo amewo ɖe Amonitɔwo ƒe fia be, “Nya si Yefta gblɔ lae nye esi, ‘Israel mexɔ Moabtɔwo alo Amonitɔwo ƒe anyigba o. Nyateƒe lae nye be, esi Israelviwo tso Egipte, tso Ƒu Dzĩe la eye wova ɖo Kades la, woɖo du ɖe Edom fia nɔ mɔ biam be, yewoato eƒe anyigba dzi gake Edom fia meɖe mɔ na wo o. Wobia mɔ ma ke Moab fia hã eye eya hã gbe eya ta Israelviwo nɔ Kades. “ ‘Mlɔeba la, woƒo xlã Edom kple Moab to gbedadaƒo, woto woƒe ɣedzeƒeliƒowo dzi va se ɖe esime woɖo Moab ƒe liƒo la godo le Arnon tɔsisi la ŋu. Israel ɖo du ɖe Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon eye wòbia be wòaɖe mɔ yewoato eƒe anyigba dzi ayi afi si yewoyina. Fia Sixɔn mexɔ Israelviwo dzi se o eya ta wòna eƒe aʋakɔ wɔ aʋa kple Israelviwo le Yaza. Yehowa, míaƒe Mawu la kpe ɖe Israelviwo ŋu woɖu Fia Sixɔn dzi. Ale Israelviwo xɔ anyigba si dzi Amoritɔwo nɔ la katã. Israelviwo nɔ anyigba la katã dzi tso Arnon tɔsisi la ŋu le anyigbeme yi Yabok tɔsisi la ŋu le dzigbeme kple tso gbegbe la ŋu le ɣedzeƒe yi Yɔdan tɔsisi la ŋu le ɣetoɖoƒe. “ ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu lae xɔ anyigba la le Amoritɔwo si na Israelviwo. Ekema nu ka ta míagbugbɔe na wò? Na nu sia nu si wò mawu Kemos na wò la nanye tɔwò eye nu sia nu si Yehowa, míaƒe Mawu la na míawo hã la, nanye mía tɔ! Ke wò ɖe, ame ka gɔ̃e nèbu be yenye? Ɖe nènyo wu Fia Balak, Moab fia? Ɖe wòdi be yeagbugbɔ yeƒe anyigba axɔ le Israelviwo si, esime Israel ɖu edzia? Kpao! Ke wò ya nèle didim be yeaho nya sia ɖe dzi azɔ le ƒe alafa etɔ̃ megbe! Israel nɔ anyigba sia dzi ɣeyiɣi sia katã tso Hesbon va yi Aroer, yi ɖatɔ keke Arnon tɔsisi la. Nu ka ta mèdze agbagba aɖeke kpɔ do ŋgɔ na fifia be yeagbugbɔ anyigba la axɔ o? Kpɔ ɖa, nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o: wò boŋue wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye be nèho aʋa ɖe ŋunye. Ke eteƒe madidi o, Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la la, adrɔ̃ ʋɔnu le mí Israelviwo kple mi Amonitɔwo dome.’ ” Amon fia meɖo to Yefta ƒe nya la o. Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ. Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa be, “Ne ètsɔ Amonitɔwo de asi nam la, nu sia nu si ado to nye aƒe ƒe agbo me ava kpem ne meɖu Amonitɔwo dzi hetrɔ gbɔ la, anye Yehowa tɔ eye matsɔe asa numevɔe nɛ.” Yefta kplɔ eƒe aʋakɔ wowɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yehowa na Israel ɖu dzi eye wowu Amonitɔwo tso keke Aroer va se ɖe Minit. Woxɔ du blaeve va keke Abel Keramin. Ale Israel ɖu Amonitɔwo dzi. Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o. Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, “O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o.” Eɖo eŋu nɛ be “Fofonye, èɖe adzɔgbe na Yehowa; wɔm abe ale si nèdo ŋugbee ene elabena Yehowa bia hlɔ̃ wò futɔ siwo nye Amonitɔwo. Gake wɔ nye didi sia ko dzi nam. Na ɣleti evem matsa le togbɛawo dzi afa konyi kple xɔ̃nyewo elabena nyemaɖe srɔ̃ akpɔakpɔ o.” Yefta ɖe mɔ nɛ eye wòyi toawo dzi; eya kple xɔlɔ̃awo nɔ afi ma kple konyifafa ɣleti eve. Le esia megbe la, etrɔ va aƒe eye Yefta wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi, ale ɖetugbi la meɖe srɔ̃ o. Tso gbe ma gbe dzi la, ezu kɔnu le Israelviwo dome be ɖetugbiwo nayi aɖanɔ toawo dzi ŋkeke ene ƒe sia ƒe afa konyi le Yefta, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnuvi ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/12-7346023b38a3b3726c8961ef8a631502.mp3?version_id=1613,"Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!” Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o. Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?” Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.” Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la, wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me. Yefta nye Israelviwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe ade. Esi Yefta, Gileadtɔ la ku la, woɖii ɖe Gilead duwo dometɔ ɖeka me. Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Yefta ɖo lae nye Ibzan, ame si nɔ Betlehem hedrɔ̃ ʋɔnu na Israel. Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre eye esi Ibzan la, woɖii ɖe Betlehem. Le Ibzan yome la, Elon Zebulontɔ zu ʋɔnudrɔ̃la na Israelviwo ƒe ewo. Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi. Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn. Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi. Esi Abdon, Hilel vi ku la, woɖii ɖe Piratɔn le Efraimnyigba dzi, le Amalekitɔwo ƒe anyigba dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/13-2a9d52b5757b704ee8a5a8f0daf36b37.mp3?version_id=1613,"Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ. Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o. Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.” Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o. Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ” Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.” Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.” Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?” Yehowa ƒe dɔla ɖo eŋu nɛ be, “Ele be srɔ̃wò nawɔ nu sia nu si megblɔ nɛ. Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.” Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu be, “Togbɔ be mielém ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖaɖa ƒe ɖeke o gake ne miedzra numevɔsa aɖe ɖo la, mitsɔe na Yehowa.” Manoa menya be Yehowa ƒe dɔlae wònye o. Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.” Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.” Manoa lé gbɔ̃vi aɖe kpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu eye wòsa vɔ na Yehowa le agakpe aɖe dzi. Tete Yehowa wɔ nukunu aɖe le Manoa kple srɔ̃a ŋkume. Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi. Esi Yehowa ƒe dɔla la megaɖe eɖokui fia Manoa kple srɔ̃a o la, Manoa kpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae. Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.” Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.” Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/14-471302a8f5902ecf53feea82b5eb27d8.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe. Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee. Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?” Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.” Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o. Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o. Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo. Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme. Eɖe anyitsi la, ɖu ɖe le mɔa dzi eye wòna ɖe fofoa kple dadaa gake megblɔ na wo be dzata ƒe dɔ me ye yekpɔe tsoe o. Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene. Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu. Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi. Ke ne miete ŋu ɖe egɔme o la, ekema miawo hã miatsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam.” Woɖo eŋu nɛ be, “To wò adzo la na mí, na míase wò adzo la.” Adzo si wòto lae nye, “Nuɖuɖu do tso nuɖula me eye nu vivi do tso nu sesẽ me!” Ŋkeke etɔ̃ va yi, womete ŋu ɖe adzo la gɔme o. Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?” Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.” Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?” Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo. Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be, “Nu kae vivina wu anyitsi eye nu kae sesẽ wu dzata?” Samson gblɔ na wo be, “Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la, anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.” Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me. Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/15-7a04bb4dc4d471c9f20224fcd88d8914.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le luxaɣi la, Samson tsɔ gbɔ̃vi aɖe yi be yeatsɔ ana ye srɔ̃ eye yeadɔ kplii gake srɔ̃a fofo meɖe mɔ nɛ o. Egblɔ na Samson be, “Mebu xaa be ɖe nèlé fui eya ta metsɔe na xɔ̃wò wòɖe. Nɔvia suetɔ hã li, ame si dze tugbe wui eya ta àte ŋu aɖe eya boŋ.” Nu sia do dɔmedzoe na Samson ŋutɔ eya ta wòblu ɖe wo ta gblɔ be, “Ne nya aɖe dzɔ ɖe mia dzi fifia la, migabu fɔm o!” Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu. Esi dzo tɔ akakati ɖe sia ɖe eye wòna abeiawo ƒu du yi Filistitɔwo ƒe agblewo me eye wotɔ dzo lu siwo womexa haɖe o kple wainkawo kpakple amitiwo. Esi Filistitɔwo bia be ame kae wɔ esia la, woɖo eŋu na wo be, “Samson ye elabena srɔ̃a fofo tsɔ srɔ̃a na ŋutsu bubu wòɖe.” Ale Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnuvi la kple fofoa kple woƒe aƒe. Samson ka atam be, “Magabia hlɔ̃ kokoko hafi adzudzɔ.” Eya ta Samson dza ali kple ata na wo hewu ame geɖewo eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le Etam. Filistitɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda eye wokaka ɖe Lehi. Yudatɔwo bia wo be, “Nu ka dim miele le afi sia?” Filistitɔwo ɖo eŋu be, “Míeva be míalé Samson eye míawɔe abe ale si wòwɔ mí ene.” Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ (3,000) yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?” Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.” Wogblɔ nɛ be, “Míeva be míalé wò eye míatsɔ wò ade asi na Filistitɔwo.” Samson gblɔ be, “Mika atam nam be miawo miawum o.” Woɖo eŋu be, “Míelɔ̃. Ɖe ko míabla wò, atsɔ wò ade asi na wo. Míawu wò o.” Ale woblae kple atagbika yeye eve eye wokplɔe dzoe tso agakpe la dzi. Esi Samson kple Yuda ŋutsu siwo lée ɖo Lehi la, Filistitɔwo tso aseye kple ɣli. Enumake Yehowa ƒe ŋusẽ gaɖo Samson me eye atagbika siwo wotsɔ blae la tso abe ɖetika ko wonye ene eye woge le alɔnu nɛ! Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka. Emegbe la Samson gblɔ be, “Tedzi glãe metsɔ wu ame akpe ɖekae!” Esi wòwu nya siawo gbɔgblɔ nu la, eɖe asi le tedziglã la ŋu da ɖi. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Ramat Lehi,” si gɔmee nye “Tedziglãtogbɛ.” Tsikɔ de asi Samson wuwu me vevie eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Èɖe Israel nukutɔe to dzinye va se ɖe egbe! Ɖe maku azɔ le tsikɔwuame ta eye mage ɖe trɔ̃subɔla siawo si mea?” Ale Mawu na tsi do tso agakpe aɖe me eye esi Samson noe la, agbe gaɖo eme. Ena ŋkɔ teƒea be “En Hakore” si gɔmee nye, “Gbedoɖala Ƒe Vudo.” Eye teƒe sia gali va se ɖe egbe. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel le ƒe blaeve siwo kplɔ nya siawo ɖo la me, ke Filistitɔwo gaɖu Israelnyigba la dzi kokoko." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/16-b1ae8b8c6d9c924f8f3d603b316ff542.mp3?version_id=1613,"Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ. Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedzem ko la, míakpɔe alée, awui.” Samson mlɔ anyi kple gbolo la va se ɖe zãtitina. Efɔ heyi dua ƒe agbo la gbɔ. Eho agbo la kple eƒe atiwo le tome kpe ɖe gametiawo ŋu, tsɔ wo ɖe abɔta heyi ɖada ɖe to aɖe tame le Hebron ƒe akpa kɛme. Azɔ la, Samson dze ahiã ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Delila ame si nɔ Sorek ƒe balime. Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo katã va yi Ɖelila gbɔ, eye wobia tso esi be wòable Samson nu ne wòagblɔ eƒe ŋusẽ ƒe dzɔtsoƒe nɛ ne wòava gblɔ na yewo ale be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi alée, ablae awɔ fui. Ne ete ŋu wɔ nenema la, ekema yewo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa ɖeka anae. Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!” Samson gblɔ nɛ be, “Ne woablam kple datimeka yeye adre la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale wotsɔ datimeka yeye adre na Ɖelila eye esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila blae kple ka adreawo, le esime ŋutsu aɖewo be ɖe xɔ evelia me. Esi Ɖelila blae vɔ ko la, edo ɣli sesĩe be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson tso kaawo enumake abe ale si dzo lãa ɖetikawo ene. Ale womenya nu si tututu mee eƒe ŋusẽ triakɔ la le o. Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!” Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Delila tsɔ ka yeyewo blae. Ŋutsuwo gabe ɖe xɔ evelia me abe tsã ene eye Ɖelila do ɣli be, “Samson, Filistitɔwo va be yewoalé wò!” Samson tso kaawo abe yiyiɖɔ ƒe kawoe wonye ene! Delila gagblɔ nɛ be, “Ɖeko nègatsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene, gblɔ ale si woate ŋu alé wòe la nam azɔ.” Samson gblɔ be, “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adreawo abe ale si wolɔ̃a avɔe ene la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila lɔ̃ ɖakɔ adreawo eye wòtsɔ ɖalénu lée. Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ eye wòtu ɖa babla la. Ɖelila fa konyi be, “Aleke nàte ŋu agblɔ be yelɔ̃m gake màte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣla nam o? Èblem zi etɔ̃ sɔŋ eye mègblɔ afi si wò ŋusẽ le la nam o!” Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu. Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.” Delila dze sii bena egblɔ nyateƒe la na ye mlɔeba eya ta wòɖo du ɖe Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo. Egblɔ na wo be, “Migava zi ɖeka ko elabena azɔ ya la, egblɔ nya sia nya nam.” Tete Filisitɔwo ƒe amegãwo va eye wotsɔ klosalo ɖe asi. Ɖelila ble Samson nu wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe atata. Eyɔ ame aɖe vɛ, wòko Samson ƒe ɖakɔ adreawo nɛ, ale Samson de asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ dzo. Ɖelila de asi kɔtutui me elabena ekpɔ be eƒe ŋusẽ dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ. Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o. Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene. Ke sẽe ko la, eƒe ɖa gade asi toto me. Azɔ la, Filistitɔwo ƒe dukplɔlawo ƒo ƒu be yewoasa vɔ na Dagon, woƒe mawu eye yewoaɖu ŋkekenyui elabena wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ Samson, míaƒe futɔ, de asi na mí.” Esi ameawo kpɔe la, wokafu woƒe mawu eye wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ míaƒe futɔ la de asi na mí, ame si gblẽ míaƒe anyigba eye wòwu mía dometɔ geɖewo.” Wain si wono la na wokpɔ dzidzɔ eye wogblɔ be, “Miyɔ Samson ɖa wòava ɖe modzaka na mí.” Ale wokplɔe tso gaxɔ la me eye wòva ɖe modzaka na wo le Dagon subɔƒe. Esime wònɔ sɔti eve siwo tsɔ xɔgbagba la dome la, Samson gblɔ na ɖekakpui si lé eƒe alɔnu le ekplɔm la be, “Tsɔ nye asiwo ɖo sɔti eveawo ŋu. Medi be maziɔ ɖe wo ŋu ne madzudzɔ sẽe.” Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ (3,000) nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm. Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, “Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka pɛ ko ta.” Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe le esime wòdo gbe ɖa be, “Na maku kple Filistitɔ siawo.” Tete gbedoxɔ la ƒe dzisasã ge dze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple ameawo katã dzi eye woku. Ale ame siwo Samson wu le eƒe kuɣi la sɔ gbɔ wu ame siwo wòwu le eƒe agbenɔɣi blibo la me. Le esiawo megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va be woaxɔ eƒe kukua, wokɔe yi eƒe anyigba dzi eye woɖii ɖe Zora kple Estaol dome, afi si woɖi fofoa, Manoa ɖo. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe blaeve." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/17-606c86b2234733c31a7d4e9a5e27f763.mp3?version_id=1613,"Ŋutsu aɖe nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi, eŋkɔe nye Mika. Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.” Mika trɔ ga la na dadaa eye dadaa gblɔ nɛ be, “Makɔ ga la ŋu atsɔ na Aƒetɔ la ɖe tawò. Mana woawɔ aklamakpakpɛ aɖe na wò eye woafa klosalo ɖe eŋu.” Dadaa tsɔ klosalo alafa eve (200) na klosaloɖaŋuwɔla aɖe wòwɔ aklamakpakpɛ aɖe da ɖe Mika ƒe aƒe me. Legba la ƒe ha ƒomevi vovovowo nɔ Mika si eye wòtsɔ via ɖeka ɖo wo nunɔlae. Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o eya ta ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu. Ɖekakpui aɖe si nye Levitɔ la nɔ Betlehem le Yuda, edzo le Betlehem be yeadi teƒe bubu aɖe anɔ. Le eƒe mɔzɔzɔ me la, eva ɖo Mika ƒe aƒe me le Efraim ƒe tonyigba dzi. Mika biae be, “Afi ka nètso?” Amedzro la ɖo eŋu be, “Levitɔe menye metso Betlehem le Yuda, mele teƒe nyui aɖe dim manɔ.” Mika gblɔ nɛ be, “Nɔ gbɔnye eye nànye fofo kple nunɔla nam. Mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe wò nudodo, nuɖuɖu kple dɔƒe ŋu.” Levitɔ la lɔ̃ eye wòtsi anyi. Enɔ na Mika abe via ŋutsuwo dometɔ ɖeka ene. Mika kɔ ɖekakpui la ŋu eye wòzu nunɔla nɛ. Mika gblɔ be, “Menyae be Yehowa ayram azɔ elabena Levitɔ aɖee nye nunɔla le nye aƒe me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/18-63b7c33576683f38bd6a8e91624c92ae.mp3?version_id=1613,"Fia aɖeke menɔ Israel ɣe ma ɣi o. Dan ƒe to la nɔ teƒe aɖe dim be yewoanɔ elabena womenya amewo ɖa le anyigba si woma na wo la dzi haɖe o eya ta Dan ƒe to la tia kalẽtɔ atɔ̃ tso Zora kple Estaol duwo me be woayi aɖatsa ŋku le anyigba si dzi wodi be yewoanɔ la dzi. Esi wova ɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, wodze Mika ƒe aƒe me. Wolé to ɖe Levitɔ la ƒe gbegbɔgblɔ ŋu eye woɖe kpɔe hebiae be, “Nɔvi, nu ka wɔm nèle le afi sia? Afi ka nètso?” Egblɔ dɔ si wɔm wòle na Mika abe eƒe nunɔla ene la na wo. Wobia tso esi be, “Ekema bia Mawu be mɔ si dzi míele la adze edzi na mí mahã?” Nunɔla la ɖo eŋu be, “Miyi le ŋutifafa me, Yehowa le mia ta kpɔm.” Ale ame atɔ̃awo yi Lais du la me eye wokpɔ ale si ameawo le dedie le afi mae, abe Sidontɔwo ene. Woɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, wometsi dzi be dukɔ aɖeke aho aʋa ɖe yewo ŋu o elabena dukɔ sesẽ aɖeke menɔ nuto me ma o. Woƒe nɔƒe didi tso wo nɔvi Sidontɔwo gbɔ eye womedea ha kple du siwo te ɖe wo ŋu la o. Ale ŋkutsalawo trɔ yi wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol. Wobia wo be, “Aleke miedee eye nu kawo miekpɔ?” Ŋkutsalawo ɖo eŋu be, “Mina míaho aʋa ɖe wo ŋu! Míekpɔ anyigba la: enyo ŋutɔ. Migawɔ kuvia le anyigba la xɔxɔ ŋu o. Ne mieyi la, miakpɔ be ameawo le ŋutifafa me, anyigba la nyo eye wòlolo. Naneke mahiã mí le anyigba la dzi o, Mawu tsɔ anyigba la de asi na mí xoxo!” Ale ŋutsu alafa ade tso Dan ƒe to la me bla akpa eye wodze mɔ tso Zora kple Estaol. Gbã la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si nɔ Kiriat Yearim ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yudanyigba dzi. Woyɔa teƒe sia egbegbe be, “Maham” si gɔmee nye “Dan ƒe Asaɖa.” Tso afi ma wolia to la yi Efraim to la ƒe anyigba dzi. Esi wova to Mika ƒe aƒe ŋu yina la, ŋkutsala atɔ̃awo gblɔ na wo nɔviwo be, “Kɔmewu, aƒeli, aklamakpakpɛ kple legbawo le aƒe sia me. Eme kɔ ƒãa be mienya nu si wòle be miawɔ!” Ale woge ɖe Levitɔ ɖekakpui la ƒe aƒe me le Mika ƒe teƒe hedo gbe nɛ. Ame alafa ade tso Dan ƒe to la me, ame siwo bla akpa na aʋawɔwɔ la tsi tsitre ɖe agbo la nu. Ŋkutsala atɔ̃awo ge ɖe xɔ la me eye wolɔ aklamakpakpɛawo, kɔmewu la, aƒeli la kple legba la esime nunɔla la nɔ agbo la nu kple asrafo alafa ade (600) siwo kpla woƒe aʋawɔnuwo. Esi Levitɔ la kpɔ be wotsɔ nu siawo la, ebia wo be, “Nu ka wɔm miele?” Wogblɔ nɛ be, “Zi ɖoɖoe, mègagblɔ nya aɖeke o. Dze mía yome eye nànye fofo kple nunɔla na mí katã. Ɖe menyo be nànye nunɔla na Israel ƒe to blibo ɖeka wu nànye nunɔla na ame ɖeka pɛ ko ƒe aƒe oa?” Levitɔ la lɔ̃ be yeayi kpli wo, ale wòtsɔ kɔmewu la, aƒedomemawuwo kple aklamakpakpɛwo hedze wo yome. Wotsɔ woƒe viwo, woƒe lãhawo kple woƒe nunɔamesiwo ɖo ŋgɔ eye wotrɔ hedzo. Esi wogblẽ Mika ƒe aƒe ɖe megbe ʋɛe ko la, ŋutsu siwo nye Mika ƒe aƒelikawo la ƒo wo ɖokui nu ƒu eye wosi du va tu Dan ƒe viwo. Esi wole ɣli dom le wo yome la Dan ƒe viwo trɔ gblɔ na Mika be, “Nu kae le wɔwòm be nèyɔ wò amewo be woawɔ avu kpli mí?” Eɖo eŋu na wo be, “Mietsɔ mawu siwo mewɔ kple nye nunɔla dzoe. Nu kae gasusɔ ɖe asinye? Nu ka ŋutie miabiam be, ‘Nu kae le wɔwòm mahã?’ ” Dan ƒe to la ɖo eŋu be, “Mègahe nya kpli mí o, ne menye nenema o la, ame siwo doa dziku kabakaba la dometɔ aɖewo adze mia dzi eye wò kple wò aƒe miabu miaƒe agbe.” Ale Dan ƒe to la gaho ɖe edzi eye esi Mika kpɔ be ameawo sẽ wu ye akpa ta la, etrɔ dzo yi aƒe me. Dan to la tsɔ Mika ƒe legbawo eye wokplɔ eƒe nunɔla la va ɖo Lais. Lais dua me tɔwo nɔ anyi le ŋutifafa me eye womenya be naneke le dzɔdzɔm o. Wodze wo dzi kple yi eye wotɔ dzo woƒe dua. Kpeɖeŋutɔ aɖeke menɔ anyi axɔ na wo o elabena woƒe teƒea didi tso Sidon gbɔ eye womedo ka kple ame bubu aɖekewo hã o. Du la nɔ balime si te ɖe Bet Rehob ŋu. Dan ƒe to la gbugbɔ du la tu nyuie eye wònɔ afi ma. Woyɔa du la tsã be Lais, ke Dan ƒe to la tsɔ wo fofo, Dan, Israel viŋutsu ƒe ŋkɔ nɛ. Wowɔ teƒe na legbawo eye wowɔ Gersom ƒe vi kple Mose ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ŋkɔe nye Yonatan la kple via ŋutsuwo nunɔlawoe. Amewo tso ƒome sia me nye nunɔlawo va se ɖe esime woɖe aboyo anyigba la. Ale Dan ƒe to la subɔ Mika ƒe legbawo ŋkeke ale si Mawu ƒe agbadɔ la nɔ Silo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/19-bd4f93d1ed4b049b2fa8c83751894007.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o. Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda. Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene. Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃. Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã. Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.” Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃. Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee. Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.” Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la. Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.” Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.” Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me. Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme. Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã. Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo. Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o, togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.” Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.” Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu. Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.” Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o. Mina maɖe asi le vinye ɖetugbi si menya ŋutsu haɖe o kple ŋutsu la ƒe ahiãvi ŋuti na mi. Makplɔ wo do goe eye miate ŋu awɔ nu sia nu kpli wo, gake migawɔ nu vɔ̃ɖi, nyɔŋu sia tɔgbi ɖe ŋutsu sia ŋu o.” Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la, eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie. Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi. Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ. Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe. Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/20-90bf9678e245b995c35f06126db61c93.mp3?version_id=1613,"Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa. Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene (400,000), ame siwo lé yiwo ɖe asi. Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋu. Israel Fiawo yɔ Levitɔ si ƒe ahiãvi wowu la be wòagblɔ nya si dzɔ tututu la na yewo. Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ. Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku. Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe. Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!” Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo. Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu. Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.” Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me. Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua? Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o, Wotso woƒe duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo. Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade (26,000) tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre (700) siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu. Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o. Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene (400,000). Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.” Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu. Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea. Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) le aʋagbedzi gbe ma gbe. Ke Israelviwo de dzi ƒo na wo nɔewo eye wogaƒo ƒu ɖe teƒe si wonɔ le ŋkeke gbãtɔ dzi. Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.” Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã. Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia. Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome. Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.” Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene. Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃. Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ. Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o. Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ. Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu. Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame. Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.” Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim. Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ. Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe. Woɖe to ɖe Benyamin ƒe aʋakɔ la le Gibea ƒe ɣedzeƒe lɔƒo eye wowu wo dometɔ geɖewo le afi ma. Ame akpe wuienyie (18,000) ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe. Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ. Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa. Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene. Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/JDG/21-2eb2e285ccf19e59287bcce5fff3c252.mp3?version_id=1613,"Israel ƒe kplɔlawo ka atam na Yehowa le Mizpa be yewomatsɔ yewoƒe ɖetugbiwo ana Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo woaɖe gbeɖegbeɖe o. Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ. Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le mía dome?” Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi. Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko. Israelviwo katã fa konyi le ale si Benyamin ƒe to la tsrɔ̃ le wo dome la ta eye wogblɔ be, “Israel ƒe to blibo ɖeka tsrɔ̃ le mía dome. Afi ka míakpɔ nyɔnuwo le na ŋutsu ʋɛ siwo tsi agbe esi míetsɔ Yehowa ka atam be míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na woƒe ɖekakpuiwo woaɖe o?” Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o. Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔe be Yabes Gileadtɔ aɖeke menɔ afi ma o. Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve (12,000) be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead. Miwu ŋutsuwo katã kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ.” Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la le ame siwo nɔ Yabes Gilead la dome eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo, le Kanaanyigba dzi. Israelvi bubuawo ɖo ame ɖe Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo tsi agbe eye wole Rimon kpe la gbɔ. Wotsɔ ɖetugbi alafa eneawo na wo woɖe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me. Ke ɖetugbiawo mede ŋutsuawo katã nu o. Nublanuinya gã aɖee wònye le Israel le ŋkeke mawo me elabena Yehowa de mama Israel ƒe toawo dome. Israelviwo ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Aleke míawɔ akpɔ srɔ̃ na ŋutsu bubuawo esi Benyamin ƒe to la ƒe nyɔnuwo katã ku? Ele be míato mɔ aɖe nu adi srɔ̃ na wo kokoko ale be, Israel ƒe to blibo ɖeka mabu gbidii o. Ke míate ŋu atsɔ míawo ŋutɔ ƒe vinyɔnuwo na wo o elabena mí Israelviwo míeka atam be, Yehowa ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ nu sia la dzi.” Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi. Wogblɔ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo mekpɔ srɔ̃ ɖe haɖe o la be, “Miyi miaɣla mia ɖokui ɖe waingblewo me eye ne Silo ɖetugbiwo va yina ɣeɖuƒe la, mialũ ɖe wo dzi, mialé wo sesẽ ayi miaƒe aƒewo me ne woazu mia srɔ̃wo! Ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va nya he ge ɖe mía ŋu la, míagblɔ na wo be, ‘Míeɖe kuku na mi; mise nu gɔme eye miaɖe mɔ woaɖe mia vinyɔnuwo elabena míekpɔ ɖetugbiwo na ŋutsuawo katã esi míetsrɔ̃ Yabes Gilead o. Nenye miawo ŋutɔe tsɔ mia vinyɔnuwo na wo la, eya ko hafi miaɖi fɔ.’ ” Ale Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo wɔ ɖe nya si wogblɔ na wo la dzi, wolé nyɔnuvi siwo va ŋkekenyui la ɖu ge, eye wokplɔ wo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Wogbugbɔ woƒe duwo tu eye wonɔ wo me. Israelvi bubuawo hã trɔ yi wo de. Le ɣe ma ɣiwo me la, fia aɖeke menɔ Israel si o, eye ame sia ame wɔa nu si dzea eŋu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/1-0485d6838fe0d03be0fed48180f6c1d2.mp3?version_id=1613,"Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko. Esia ta eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be, “Na míadi ɖetugbi si menya ŋutsu o la ne wòanɔ fia la gbɔ anɔ edzi kpɔm. Ate ŋu amlɔ egbɔ ale be wòade dzo lãme na míaƒe aƒetɔ, fia la.” Wodi nyɔnuvi dzetugbe aɖe le Israelnyigba blibo la dzi, wokpɔ Abisag, Sunamitɔ la eye wokplɔe vɛ na fia la. Nyɔnuvia dze tugbe ŋutɔ. Elé be na fia la eye wòsubɔe gake fia la medɔ kplii o. Le ɣeyiɣi ma me la, David ƒe viŋutsu, Adoniya, ame si dadae nye Hagit la ɖo be yeatsɔ ye ɖokui aɖo fiae ɖe ye fofo amegãɖeɖi la teƒe. Ale wòdi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kple ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le fia la ŋgɔ la na eɖokui. Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome. Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia. Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo. Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe. Ke mekpe Nyagblɔɖila Natan kple Benaya kple aʋafia siwo le David dzi kple nɔvia ŋutsu, Solomo ya o. Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa? Ne èdi be yeaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe kple ye vi Solomo tɔ la, ekema nàwɔ nu si magblɔ na wò la pɛpɛpɛ. Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’ Ne èle nu ƒom kplii ko la, mava ɖo kpe nya si gblɔm nèle la dzi.” Ale Batseba yi fia la ƒe xɔ gã me. Fia la tsi ŋutɔ azɔ eye Abisag nɔ esubɔm. Batseba bɔbɔ hede ta agu ɖe fia la ŋkume. Fia la biae be, “Nu kae hiã wò?” Eɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔe ka atam na nye, wò dɔla, le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ me be, ‘Viwò Solomo aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi.’ Ke Adoniya boŋ va zu fia fifia eye wò, nye aƒetɔ, fia la, mènya naneke tso eŋu gɔ̃ hã o. Etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe le eƒe fiaɖogbe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã, nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab, ke mekpe Solomo, wò dɔla, ya o. Azɔ la, nye aƒetɔ kple fia, Israel blibo la ƒe ŋku le dziwò be woanya ame si anɔ nye aƒetɔ, fia la ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eyome. Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.” Esi wòganɔ nu ƒom kple fia la ko la, Nyagblɔɖila Natan va do. Wogblɔ na fia la bena, “Nyagblɔɖila Natan le diwòm.” Ale wòdo ɖe fia la gbɔ eye wòde ta agu nɛ. Natan gblɔ be, “Ɖe wò, nye aƒetɔ, fia ɖe gbeƒã be Adoniya aɖu fia ɖe tewòƒe eye be wòanɔ wò fiazikpui dzia? Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’ Ke mekpe nye, wò dɔla Zadok, nunɔla la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi kple wò dɔla Solomo ya o. Ɖe esia nye nane si nye aƒetɔ, fia la wɔ, ke mena eƒe dɔlawo nya ame si anɔ nye aƒetɔ ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eteƒe oa?” Fia la gblɔ be, “Miyɔ Batseba nam!” Ale Batseba gbugbɔ va xɔ la me eye wòtsi tsitre ɖe fia la ŋkume. Tete fia la ka atam be, “Esi Yehowa, ame si ɖem tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me le agbe la, meka atam bena viwò Solomoe aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi abe ale si meka atam na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume kpɔ ene.” Batseba gabɔbɔ, gade ta agu le Fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò. Nye aƒetɔ, fia la nanɔ agbe tegbee!” Fia David ɖe gbe be, “Miyɔ Zadok, nunɔla la kple Natan, nyagblɔɖila la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi, ɖa!” Esi wova la, egblɔ na wo be, “Kplɔ wò aƒetɔ ƒe subɔlawo, nàtsɔ vinye Solomo ɖo nye ŋutɔ nye tedzi dzi eye nàkplɔe yi Gihon. Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’ Ne miekplɔe gbɔ va ɖo afi sia la, mina wòanɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi abe fia yeye la ene elabena metiae be wòanye fia na Israel kple Yuda.” Benaya, Yehoiada ƒe vi, gblɔ be, “Neva eme! Yehowa, wò Mawu la naɖo kpe edzi. Yehowa nanɔ kple Solomo abe ale si wònɔ kple wò ene eye Mawu nana Solomo ƒe fiaɖuɖu nadze edzi wu wò ŋutɔ tɔ gɔ̃ hã!” Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ. Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!” Le esia megbe la, wo katã wotrɔ va Yerusalem eye wonɔ dzidzɔɣli dom le mɔa dzi. Adoniya kple eƒe ame kpekpewo se dzidzɔɣli la esime wonɔ woƒe nuɖuɖu kple nunono la nu wum. Yoab bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ta ɣli le ɖiɖim bobobo ale le dua me?” Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.” Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be, “Ao! Míaƒe aƒetɔ, Fia David, tsɔ Solomo ɖo fiae. Fia la ɖoe ɖa kple nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya, Yehoiada ƒe vi, Keretitɔwo kple Peletitɔwo eye wodae ɖe fia ƒe tedzisɔ dzi. Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan si ami nɛ heɖoe fiae le Gihon. Wole aseye tsom tso afi ma eye du blibo la hã gli kple aseyetsotso. Eyae nye ɣli si sem miele. Gawu la, Solomo nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, fiaŋumewo va yra míaƒe aƒetɔ, Fia David eye wogblɔ nɛ be, ‘Wò Mawu nana Solomo ƒe ŋkɔ nade dzi wu tɔwò eye eƒe fiazikpui nali ke wu tɔwò!’ Fia la de ta agu le eƒe aba dzi, subɔ Mawu eye wogblɔ be, ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na be nye ŋkuwo kpɔ ame si anɔ nye fiazikpui dzi egbe.’ ” Vɔvɔ̃ ɖo Adoniya ƒe ame kpekpewo katã eye wokaka gbẽe. Ke Adoniya ƒe vɔvɔ̃ na Solomo na wòyi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi. Wogblɔ na Solomo be, “Adoniya le vɔvɔ̃m na Fia Solomo eye wòle sitsoƒe dim le agbadɔ la me. Adoniya gblɔ be, ‘Mina Fia Solomo naka atam nam egbe be yematsɔ yi awu eƒe subɔla o.’ ” Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.” Ale Fia Solomo na woyi ɖakplɔe tso vɔsamlekpui la gbɔ vɛ. Esi wòva ɖo la, ebɔbɔ, de ta agu le fia la ŋkume. Solomo gblɔ nɛ kpuie ko be, “Yi wò aƒe me!”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/2-90039449053a47f60579da15eb9ffb32.mp3?version_id=1613,"Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be: “Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ. Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò. Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o. “Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le. Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o. “Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu. “Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o. Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.” Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me. Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem. Solomo zu fia yeye ɖe fofoa, David teƒe eye nuwo tsɔ afɔ nyuie le eƒe fiaɖuƒe la me. Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?” Adoniya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa mee meva le. Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Batseba biae be, “Nu kae?” Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ. Azɔ la, medi be mabia wò nàna kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖem. Meɖe kuku, mègagbe kpekpeɖeŋu sia nanam o.” Batseba biae be, “Nu kae?” Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.” Batseba ɖo eŋu be, “Enyo, mabiae na wò.” Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime. Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.” Fia la biae be, “Nu kae, danye? Ènya be, màbia nanekem magbe o.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Ɖe mɔ nɔviwò, Adoniya naɖe Abisag.” Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.” Tete Fia Solomo tsɔ Yehowa ka atam be, “Mawu nafiam agafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nu si wòbia la ta o! Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!” Ale Fia Solomo ɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawu Adoniya eye wòyi ɖawui kple yi. Le esia megbe la, fia la gblɔ na nunɔla Abiata be, “Yi wò aƒe me le Anatɔt; ele be woawu wò hã gake nyemawu wò fifia o elabena wòe tsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la le fofonye ƒe fiaɖuɣi eye nèkpe fu sia fu kplii to eƒe xaxaɣiwo katã me.” Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme. Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi. Esi Fia Solomo se nya sia la, eɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawui. Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’ ” Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.” Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.” Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi. Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o. Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.” Ale Benaya trɔ yi agbadɔ la me eye wòwu Yoab. Woɖi eƒe kukua ɖe eƒe aƒe xa le gbegbe. Fia Solomo ɖo Benaya aʋafia gãe ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ Zadok ɖo nunɔla ɖe Abiata teƒe. Fia la ɖo du ɖe Simei eye wògblɔ nɛ be, “Tu xɔ na ɖokuiwò ɖe Yerusalem eye nànɔ afi ma; mègayi teƒe bubu aɖeke o. Gbe si gbe nàtso Kidron bali la la, nànya nyuie be yeaku eye yeƒe ʋu anɔ ye ŋutɔ ƒe ta dzi.” Simei gblɔ nɛ be, “Mesee; mawɔ nu sia nu si nye aƒetɔ fia la gblɔ.” Ale wònɔ Yerusalem ɣeyiɣi didi aɖe. Le ƒe etɔ̃ megbe la, Simei ƒe kluvi eve si yi Gat fia, Akis gbɔ. Esime Simei se be wole afi ma la, edo tedzi yi Gat le Akis gbɔ be yeadi yeƒe kluviwo. Esi wòkpɔ eƒe kluviawo la, ekplɔ wo va Yerusalem. Fia Solomo se be Simei dzo le Yerusalem yi Gat eye wòtrɔ gbɔ. Eyɔe hebiae be, “Ɖe nyemeɖo na wò be nànɔ Yerusalem alo nàku oa? Wò ŋutɔ mèɖo eŋu gblɔ be, ‘Mesee; mawɔ nu sia nu si nènya gblɔ ko’ oa? Ekema nu ka ta mèwɔ míaƒe ɖoɖo kple nye se la dzi o?” “Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.” Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui. Ale Solomo ƒe fianyenye li ke ɖe Israel dukɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/3-e9561206ca20744ca74e88a999f1a504.mp3?version_id=1613,"Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu. Le ɣe ma ɣi la, Israel saa vɔ le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o. Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye wòzɔ ɖe fofoa, Fia David ƒe ɖoɖowo katã nu negbe ale si wòyi vɔwo sasa kple dzudzɔdodo dzi le toawo dzi ko. Vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dometɔ xɔŋkɔtɔe nye esi nɔ Gibeon; Fia la yi afi ma eye wòsa numevɔ akpe ɖeka! Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!” Solomo ɖo eŋu be, “Èwɔ dɔmenyo gã na wò dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na wò. Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to mɔ ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve gã sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea. “Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo wò dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o. Azɔ la, wò dɔla le afii, le wò ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o. Na dzi nyanu wò dɔla ale be wòate ŋu aɖu wò dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?” Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia eya ta Mawu gblɔ nɛ be, “Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo wò futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la, mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o. Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David wɔ ene la, mana agbe didi wò.” Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã. Gbe ɖeka la, ɖetugbi eve siwo nye gbolowo la tsɔ nya aɖe va fia la gbɔ be wòatso eme na yewo. Ɖeka gblɔ be, “Nye aƒetɔ, nye kple nyɔnu sia míele aƒe ɖeka me. Medzi vi esime wònɔ afi ma kplim. Esi medzi vi ŋkeke etɔ̃ megbe la, nyɔnu sia hã dzi vi. Mí ame evea koe nɔ aƒea me. “Ke le zã me la, emlɔ anyi, mli ɖamlɔ via dzi eye ɖevia ku. Efɔ zã ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ. Esi ŋu be yeake eye mebe mana no vidzĩa la, mekpɔ be eku! Melé ŋku ɖe eŋu nyuie eye medze sii be menye vinyee o.” Nyɔnu evelia hã gblɔ be, “Etɔ tututue nye vidzĩ kuku la eye tɔnyee nye esi le agbe.” Nyɔnu gbãtɔ be, “Ao, vidzĩ kuku lae nye tɔwò eye agbagbeae nye tɔnye.” Ale wohe nya sia le fia la ŋkume. Fia la gblɔ be, “Ame si gblɔ be, ‘Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,’ eye ame keme be, ‘Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’ ” Azɔ fia la gblɔ be, “Enyo, mitsɔ yi vɛ nam” Ale wotsɔ yi vɛ na fia la. Fia la na gbe hegblɔ be, “Mima ɖevi gbagbe la ɖe akpa eve me eye miatsɔ afã eveawo na nyɔnu eve siawo ɖekaɖekae!” Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, “Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!” Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, “Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na mí!” Fia la gblɔ be, “Tsɔ ɖevi gbagbea na nyɔnu si di be ɖevia nanɔ agbe, elabena eyae nye ɖevi la dada!” Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/4-2666ed2f6400826f1fa05535c1d73761.mp3?version_id=1613,"Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. Eƒe dumegãwoe nye: Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla; Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo; Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi; Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la; Zadok kple Abiata nye nunɔlawo. Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ; Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ; Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ; Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi. Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me. Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo: Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu; Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan; Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi; Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi; Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi; Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me. Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim; Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali; Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt; Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka; Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin; Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi. Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo sɔ gbɔ eye dzidzeme nɔ anyigba la dzi. Fia Solomo ɖu anyigba blibo la dzi tso Frat tɔsisi la to va yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi va tɔ Egiptetɔwo ƒe liƒo. Dukɔ siwo dzi wòɖu la, dzɔ nu nɛ eye wosubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye wɔ memi kilolita ade kple afã, wɔ bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã, nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu dɔ. Fiaɖuƒe siwo katã nɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, tso Tifsa yi Gaza la nɔ Fia Solomo ƒe fiaɖuƒe me eye ŋutifafa nɔ anyigba blibo la dzi. Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ nɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble nɔ ƒome ɖe sia ɖe si. Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si. Nuɖuɖudzikpɔla siawo dzɔa nuɖuɖu na Solomo kple eŋumewo ɣleti sia ɣleti eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã. Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu. Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me. Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃. Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo hã ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti. Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/5-67255dbf5ad393c3efb472d9efe3b602.mp3?version_id=1613,"Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo. Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram: “Ènya be le aʋa siwo futɔwo tso afi sia afi wɔ kple fofonye, David ta la, fofonye mete ŋu tu gbedoxɔ na Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, va se ɖe esime Yehowa tsɔ eƒe futɔwo de eƒe afɔ te.” Fia Solomo yi edzi be, “Ke azɔ la, Yehowa, nye Mawu na ŋutifafa Israel le goawo katã me, dukɔ bubuwo meganye futɔwo nam o, eya ta mele ɖoɖo wɔm be matu gbedoxɔ na Yehowa, nye Mawu, abe ale si wòɖo na fofonye be nyee atui na ye ene. Yehowa gblɔ na fofonye be, ‘Viwò si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi lae atu gbedoxɔ nam.’ “Meɖe kuku na wò be nàkpe ɖe ŋunye le dɔ sia wɔwɔ me. Ɖo wò atitsolawo ɖe Lebanon towo dzi be woatso sedatiwo nam. Maɖo nye amewo ɖa woawɔ dɔ kple tɔwòwo. Maxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la na wò amewo. Wò ŋutɔ ènya be ame aɖeke mele Israel si ate ŋu adze ati abe Sidontɔwo ene o!” Hiram kpɔ dzidzɔ le Solomo ƒe nya siawo ŋu. Egblɔ be, “Woakafu Yehowa be wòna vi nyanu aɖe David be wòaɖu fia ɖe Israel dukɔ gã la dzi.” Egblɔ ɖo ɖe Solomo be, “Mese wò nyawo eye mawɔ nu si nèbia. Mate ŋu ana sedati kple sesewuti siaa wò hena xɔa tutu. Nye amewo atsɔ atiawo tso Lebanon towo dzi ava da ɖe domeƒu la nu. Woakpe wo ale be míada wo ɖe atsiaƒua dzi, woato ƒugo la ŋu ayi afi si nàhiã wo le. Ekema míakaka wo atsɔ wo na wò ɖekaɖekae. Fetu si nàxe lae nye be nàdi nuɖuɖu na nye amewo.” Ale Hiram tsɔ sedati kple sesewuti ƒe agbɔsɔsɔ si Solomo ahiã la nɛ eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na nunya Solomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene. Hiram kple Solomo bla nu kple wo nɔewo hena ŋutifafa. Solomo ƒo dɔwɔla akpe blaetɔ̃ (30,000) nu ƒu tso Israelnyigba blibo la dzi. Eɖoa ame akpe ewo (10,000) ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram. Dɔwɔla bubu akpe blaadre (70,000) kple kpekpala akpe blaenyi (80,000) hã nɔ Solomo si le tonyigba la dzi, hekpe ɖe dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ (3,300) ŋu. Kpekpalawo ku kpe gãwo le kpekuƒewo eye wokpa wo wozu gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpewo. Wogblẽ ga geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Amewo tso Gebal va kpe ɖe Solomo kple Hiram ƒe xɔtulawo ŋu le atidzedze kple kpekpakpa na gbedoxɔ la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/6-8c3d140d0ff5fc6633a37f2eab7a8dff.mp3?version_id=1613,"Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Gbedoxɔ si Fia Solomo tu na Yehowa la didi mita blaeve-vɔ-adre, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata si le gbedoxɔ la ƒe dodonuxɔ nu la didi sɔ kple gbedoxɔ la ƒe kekeme, si ƒe kekeme nye mita asiekɛ eye wòdo ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ mita ene kple afã. Ewɔ fesre suesue siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe gotagome la ɖe gbedoxɔ la ŋu. Le gbedoxɔ la ƒe akpata gã kple xɔ titinatɔ ƒe gliwo megbe la, woɖo gli siwo me xɔŋuxɔewo le la ɖi godoo va kpe. Xɔ anyigbatɔ keke mita eve kple afã, xɔ titinatɔ keke mita etɔ̃ kloe eye xɔ tametɔ keke mita etɔ̃ kple nu sue aɖe. Le gbedoxɔ la godo la, eɖo gli kpui ƒo xlãe ale be womaŋɔ gbedoxɔ la ƒe gli la atsɔ naneke ade eme o. Wokpa kpe siwo ŋu dɔ wowɔ le gbedoxɔ la tutu me la le kpekuƒe la, ale womese zu, fia alo dɔwɔnu bubu aɖeke ŋu dɔ wɔwɔ ƒe ɖiɖi le xɔa tuƒe o. Wotoa gbedoxɔ la ƒe dziehe gome gena ɖe axadzixɔ anyigbatɔawo me. Atrakpui gɔdɔ̃gɔdɔ̃wo tso anyigbatɔawo me yi xɔtaxɔ gbãtɔwo me. Bubuwo hã gatso xɔtaxɔ eveliawo me yi etɔ̃liawo me. Esi wowu gbedoxɔa nu la, Solomo tsɔ sedati fa ɖe gliawo kple daɖedziawo kple sɔtiawo ŋu. Etu xɔŋuxɔewo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe kɔ mita etɔ̃ eye wolé wo ɖe gbedoxɔ la ŋu kple sedatiwo. Yehowa ƒe nya va na Solomo be, “Le gbedoxɔ si tum nèle ŋu la, ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, nèwɔ nye kɔnuwo dzi, ne èlé nye sewo me ɖe asi eye nèwɔ wo dzi la, ekema mato dziwò awɔ ŋugbe si medo na fofowò, David la dzi. Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.” Ale Solomo wu gbedoxɔ la tutu nu mlɔeba. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu le xɔawo me, tso anyigba ɖatɔ gbedoxɔ la ƒe dzisasã la eye wòɖo sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ƒe anyigba le xɔawo katã me. Eɖe mita asiekɛ ɖe gbedoxɔ la megbe eye wòtsɔ sedaʋuƒowo ma teƒe si wòɖe ɖe megbe la me tso anyigba ɖatɔ xɔ la ƒe dzisasã be wòanye xɔ anɔ gbedoxɔ la me, esia nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe. Akpata si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu la didi mita ene kple afã. Le gbedoxɔ la me la, efa sedaʋuƒowo ɖe afi sia afi eye wòta goewo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋuƒoawo ŋu ale be nu sia nu si le gbedoxɔa me la nye sedaʋuƒo, gli aɖeke ŋuti medze o. Xɔ ememetɔ mee wotsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la da ɖo. Xɔ sia me didi mita asiekɛ, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita asiekɛ. Etsɔ sika nyuitɔ fa ɖe gliawo kple dzisasã la ŋu. Solomo tsɔ sedati wɔ vɔsamlekpui da ɖe xɔ sia me, Efa sika nyuitɔ ɖe gbedoxɔ la me, etsi sikakɔsɔkɔsɔ ɖe xɔ emetɔ ƒe ŋgɔgbe, afi si ŋu wòfa sika ɖo. Ale wòfa sika ɖe xɔ blibo la me. Efa sika ɖe vɔsamlekpui si le xɔa emetɔ me la hã ŋu. Wotsɔ amiti kpa kerubi eve eye Solomo tsɔ wo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Ɖe sia ɖe kɔ mita ene kple afã. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita etɔ̃, aʋala evelia didi mita atɔ̃ eye tso woƒe aʋalawo ƒe nugbɔ yi aʋala bubu gbɔ le mita ade. Eda wo ɖi ale be ɖeka ƒe aʋala tɔ gli le afii eye evelia hã ƒe aʋala tɔ gli le afi mɛ. Woƒe aʋala emetɔwo tɔ wo nɔewo le xɔ la titina. Woƒe aʋala ɖeka didi afɔ adre kple afã ale kerubi ɖeka kple eƒe aʋalawo ƒe kekeme de afɔ wuiatɔ̃. Kerubi eveawo sɔ goawo katã me. Efa sika ɖe ɖe sia ɖe ŋu. Ekpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔ eveawo ƒe gliwo ŋu eye wòfa sika ɖe xɔ eveawo ƒe anyigba. Ke hena mɔnu si ge ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me la, etsɔ amiti sesẽ ƒe ʋuƒo kpa ʋɔtru si ŋena ɖe akpa eve la tsɔ xe mɔnu si ʋɔtruti atɔ̃ li na eye wòkpa Kerubiwo, detiwo, seƒoƒo siwo ke la ɖe mɔnu la ƒe ʋɔtru eve siwo wòkpa kple amiti la ŋu hafi fa sika ɖe wo katã ŋu. Solomo tsɔ amiti wɔ ʋɔtruti eve siwo ƒe kɔkɔme sɔ kple woƒe kekeme la, na gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ewɔ ʋɔtru eve kple sesewuti eye wodana yia megbe le wo ɖokui si. Wokpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋɔtruawo ŋu eye wòfa sika ɖe wo ŋu. Etsɔ kpe fufu ɖoɖo etɔ̃ kple sedaʋuƒo ɖoɖo ɖeka fa ɖe akpata emetɔwo ƒe gli ŋu. Woɖo gbedoxɔ la gɔme anyi le dzinu evelia me le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Wowu xɔ blibo la tutu nu le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti enyilia, Bul me. Ale gbedoxɔ la tutu xɔ ƒe adre." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/7-10b711c60d91c926dc2f4eac717bbf1a.mp3?version_id=1613,"Solomo tu fiasã na eɖokui; fiasã la tutu xɔ ƒe wuietɔ̃. Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi. Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖedziawo nɔ sɔti blaene-vɔ-atɔ̃awo dzi. Sɔti wuiatɔ̃ nɔ agbaka etɔ̃ dometɔ ɖe sia ɖe me. Eɖe fesreawo ɖe kɔkɔƒe; fesre etɔ̃ nɔ axa ɖeka, etɔ̃ hã nɔ axa bubu eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, nenema kee fesretiwo tɔ hã sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. Woyɔ xɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe Xɔ. Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe nɔ ŋgɔ na xɔ sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi. Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃xɔ hã nɔ anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo. Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe xɔ sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu xɔ sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Woɖo gli siawo katã tso gota va se ɖe xɔxɔnu gã la eye tso gɔmeɖokpe dzi va se ɖe kpe siwo wotsɔ ƒo xɔtae la dzi. Kpe siawo nye kpe xɔasi siwo wokpa kple laxalaxa eye wozrɔ̃ wo ŋkume kple wo godo siaa. Woɖo xɔ la ƒe gɔmeɖokpewo kple kpe xɔasi gãwo eye ɖewo ƒe didime anɔ mita ene kple afã eye ɖewo hã etɔ̃ kple afã. Woɖo gliawo ƒe dziƒogbɔ kple kpe xɔasi siwo wokpa ɖe dzidzeme nyuitɔ nu eye wotsɔ sedatiwo da ɖe wo dzi. Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene. Azɔ Fia Solomo ɖo du ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Huram la tso Tiro be wòava. Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ nɛ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ dɔ siwo katã wode asi nɛ. Hiram tsɔ akɔbli tu sɔti eve siwo me do le, ɖe sia ɖe kɔ mita enyi kple nu sue aɖe. Ewɔ tameɖonu eve kple akɔbli be woatsɔ aɖo sɔtiawo dzi. Tameɖonu ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã. Ewɔ gaɖɔwo kple kɔsɔkɔsɔ adreadre da ɖe sɔtiawo tame. Ewɔ seƒoƒowo ɖe fli eve me, woƒo xlã gaɖɔ ɖe sia ɖe be woaɖo atsyɔ̃ na tameɖonuawo dometɔ ɖe sia ɖe. Wowɔ tameɖonu na sɔti siwo le akpata la me la ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, ɖe sia ɖe kɔ mita eve. Wota seƒoƒo alafa eve (200) ɖe agbaka eve me ƒo xlã tameɖonu siwo le sɔtiawo tame la dzi. Hiram da sɔti eve siawo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Esi le dziehe gome la ŋkɔe nye Yakin eye esi le anyiehe gome ŋkɔe nye Boaz. Wotsɔ tameɖonu siwo wowɔ ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me la da ɖe sɔtiawo tame, ale wowu sɔtiawo ŋuti dɔwo nu. Emegbe la, Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogoo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Le zɔ la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome nɔ sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wɔ wo kpe ɖe gazɔ la ŋu. Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina. Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene. Etsɔ akɔbli wɔ nunɔdzi ewo, tasiaɖam ƒe afɔwo nɔ ɖe sia ɖe te. Nunɔdzi ɖe sia ɖe ƒe didime kple kekeme nye mita eve eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. Wowɔ wo kple akɔbli gbadza siwo woda ɖe akɔblitiwo dzi. Wota dzatawo, nyitsuwo kple Kerubiwo ɖe akɔbli gbadzawo dzi. Wota seƒoƒotsihewo ɖe gatiawo dzi le dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te siaa. Hiram tsɔ akɔbli wɔ tasiaɖamfɔ ene kple woƒe troƒewo ɖe nunɔdzi ɖe sia ɖe te. Zɔawo nɔ dzogoe eneawo dzi eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme. Akɔblifɔawo kɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae. Woƒe afɔwo le abe tasiaɖam ƒe afɔwo ene. Wotsɔ akɔbli wɔ tasiaɖam la ƒe akpa ɖe sia ɖe. Wotsɔ akɔbli wɔ sɔti suewo kple nunɔdziawo ɖekae ɖe woƒe dzogoewo me. Womli nunɔdzi la ƒe nu wokɔ sentimita blaeve-vɔ-ade eye towo kple akɔgo le eŋu. Wota Kerubiwo, dzatawo kple detiwo eye wofa seƒoƒowo ƒo xlã wo togawo afi sia afi si mɔ nɔ la ko. Nunɔdzi ewoawo katã sɔ le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli kɔ ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi. Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi. Woɖi ze atɔ̃ ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe eye woɖi atɔ̃ bubu hã ɖe eƒe anyiehe. Zɔ la nɔ dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome la me le xɔa me le ɖusime. Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo ɖo nɛ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la nu. Nu siwo wòwɔ la woe nye esiawo: Sɔti eve; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame. Yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu; nunɔdzi ewo kple ze ewo siwo nɔ nunɔdziawo dzi; gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te; zewo, sofiwo kple trewo. Nu siawo katã Huram wɔ na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple akɔbli si ŋu wozrɔ̃. Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome. Solomo mena woda nuawo kpɔ o, elabena akɔbliawo sɔ gbɔ ale gbegbe be, womate ŋu adae o. Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui, kplɔ̃ si dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo; akaɖitiwo, atɔ̃ le ɖusime eye atɔ̃ hã le miame, le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ, seƒoƒowo, akaɖiwo kple ɖovulãnuwo. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtrugawo kple gbedoxɔ la ƒe mɔnuʋɔtru. Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, kɔ hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/8-ddcfe1af8cf7c31ee9d4095abd61be6f.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe. Tete Israel ŋutsuwo katã kpe ta ɖe Fia Solomo gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me. Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la. Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple takpeƒe ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe siwo katã le eme. Nunɔlawo kple Levitɔwoe tsɔ wo. Fia Solomo kple Israelviwo katã ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o la sa vɔe. Le esia megbe la, nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te. Wowɔ kerubiawo ale be woƒe aʋalawo tsyɔ teƒe si woada nubablaɖaka la ɖo la dzi. Ale woƒe aʋalawo tsyɔ nubablaɖaka la kple kpo siwo wowɔ ɖe wo ŋu la dzi. Kpoawo didi ale gbegbe be woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe. Naneke menɔ nubablaɖaka la me ɣe ma ɣi o, negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de wo me le Horeb to la dzi esime Yehowa bla nu kple Israelviwo le woƒe dzodzo le Egipte megbe la ko. Kpɔ ɖa! Esi nunɔlaawo trɔ tso Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔna ko la, lilikpo keklẽ aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me taŋtaŋ! Nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me. Fia Solomo gblɔ be “Yehowa gblɔ be yeanɔ lilikpo doviviti aɖe me. Metu gbedoxɔ nyui aɖe na wò, si me nànɔ tegbee.” Tete Fia la trɔ ɖe ameha la gbɔ, ameawo tsi tsitre ɖe eŋkume be yewoaxɔ eƒe yayra eye wòyra wo. Egblɔ bena, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si tsɔ eƒe asi wɔ ŋugbe si wòdo kple eƒe nu na fofonye, David dzi egbe elabena Yehowa gblɔ na Fia David be, ‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel toawo katã me be woatu gbedoxɔ nam ɖe afi ma be nye ŋkɔ nanɔ eme o. Ke metia David be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.’ “Ame siae nye fofonye, Fia David. Edi be yeatu gbedoxɔ aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ. Ke Yehowa gblɔ na fofonye, David be, ‘Esi nèɖoe ɖe wò dzi me be yeatu gbedoxɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be nèɖoe ɖe wò dzi me. Ke, menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’ “Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu Israel fia ɖe fofonye David yome eye azɔ la, metu gbedoxɔ sia na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ. Mewɔ teƒe aɖe ɖe gbedoxɔ la me na nubablaɖaka la si me nubabla si Yehowa wɔ kple mía fofowo esime wòkplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la le.” Azɔ Solomo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel ƒe ameha blibo la ŋkume, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe dziƒo eye wògblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu aɖeke meɖi wò, le dziƒo afi ma alo anyigba dzi afi sia o, wò ame si léa wò lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi kple wò subɔla siwo zɔna ɖe wò mɔwo nu kple dzi blibo. Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye David, ame si nye wò subɔla la dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene. “Azɔ la, Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbe bubu si nèdo nɛ la hã dzi. Èdo ŋugbe be, ne fofonye ƒe dzidzimeviwo alé wò mɔwo me ɖe asi eye woawɔ wò lɔlɔ̃nu abe ale si eya wɔ ene la, ekema wo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi. Ke azɔ la, Israel ƒe Mawu, wɔ ŋugbedodo si nèwɔ na wò dɔla David, fofonye la hã dzi. “Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake hã melolo na wò, hafi gbedoxɔ sia nasu na wò o! Ke, ɖo to wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo na nublanuikpɔkpɔ, O Yehowa, nye Mawu. Se wò dɔla ƒe ɣlidodo kple gbe si wò dɔla le dodom ɖa na wò egbe. Na wò ŋkuwo nanɔ gbedoxɔ sia ŋu zã kple keli, teƒe si ŋu nègblɔ le be ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ ale be nàse wò subɔla ƒe gbe si wòado ɖa ɖo ɖe teƒe sia. Ɖo to wò subɔla kple Israelviwo ƒe kukuɖeɖe ne wodze ŋgɔ afi sia eye wodo gbe ɖa na wò. Ɛ̃, se woƒe gbedodoɖa le dziƒo si nye wò nɔƒe eye ne èsee la, ekema nàtsɔ nu vɔ̃wo ake. “Ne wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu be ewɔ nu vɔ̃ aɖe eye wòtsi tsitre ɖe afi sia, le wò vɔsamlekpui la ŋgɔ heka atam be yemewɔ nu vɔ̃ la o la, ekema, se eƒe gbe le dziƒo, nàtso afia na ame si tɔ dzɔ, nàbu fɔ agɔdzela la eye nàna eƒe fɔɖiɖi nava eƒe ta dzi. Wɔ na ame si tɔ dzɔ la ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye nu. “Ne futɔwo ɖu wò dukɔ, Israel dzi elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wotrɔ va gbɔwò eye woʋu wò ŋkɔ me, ne wodo gbe ɖa na wò le gbedoxɔ sia me la, ekema se woƒe gbe tso dziƒo eye nàtsɔ wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃ akee eye nàgbugbɔ wo ava anyigba si nèna wo fofowo la dzi. “Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la, ekema se woƒe kokoƒoƒo tso dziƒo eye nàtsɔ wò subɔlawo, wò dukɔ, Israel ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Fia agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ wo eye nàna tsi nadza ɖe anyigba si nèna wo abe woƒe domenyinu ene la dzi. “Ne dɔ to le anyigba la dzi to dɔléle ƒe agblemenukuwo dzi dzedze alo ʋetsuviwo ƒe vava me, ne Israel ƒe futɔwo ɖe to ɖe Israel ƒe duwo dometɔ aɖe eye ne dɔvɔ̃ to le anyigba la dzi alo ne nu bubu ɖe sia ɖe na dɔ to le anyigba la dzi, ne wò dukɔ Israel ƒe amewo ƒo koko na wò, wo dometɔ ɖe sia ɖe dze si eya ŋutɔ ƒe dzi ƒe fuɖenamewo eye wòdo eƒe asiwo ɖe dzi do ɖe gbedoxɔ sia gbɔ la, ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàkpe ɖe ame sia ame si ʋu eƒe nu vɔ̃ me na wò le nyateƒe me la ŋu elabena ènya ame siawo ƒe dzi me. Ale woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ wòe esi wole anyigba si nèna wo fofowo la dzi. “Amedzro si metso wò dukɔ, Israel me o, ke wòtso didiƒenyigba aɖe dzi le wò ŋkɔ ta, elabena amewo ase nu tso wò ŋkɔ gã la, wò asi sesẽ la kple wò alɔ si nèdo ɖe dzi la ta, ne amedzro sia va eye wòdo gbe ɖa le gbedoxɔ sia gbɔ la, ekema se woƒe gbedodoɖa le dziƒo, wò nɔƒe la eye nàwɔ nu si wobia wò la na wo. Ekema anyigbadzitɔwo katã anya nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu eye woavɔ̃ wò abe ale si wò ŋutɔ wò Israelviwo vɔ̃a wòe ene, ale woawo hã anya be gbedoxɔ sia, si metu na wò la nye tɔwò nyateƒe. “Ne èna wò amewo ho aʋa ɖe woƒe futɔwo ŋu eye wotrɔ mo ɖo ɖe Yerusalem, wò du tiatia la kple gbedoxɔ sia, si metu na wò ŋkɔ la, se woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le dziƒo eye nàxɔ na wo. “Ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, abe ale si ame sia ame wɔa nu vɔ̃ ene, nèdo dɔmedzoe ɖe wo ŋu eye nèna woƒe futɔwo ɖe aboyo wo yi dzronyigba aɖe dzi, didiƒe alo kpuiƒe eye ne wotrɔ susu le anyigba si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ dzi me heƒo koko le aboyonyigba dzi hegblɔ be, ‘Míewɔ nu vɔ̃, míeda vo eye míewɔ nu ŋutasẽtɔe’ eye ne wotrɔ va gbɔwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le ame siwo ɖe aboyo wo ƒe anyigba dzi eye wodo gbe ɖa ɖo ɖe anyigba si nèna wo fofowo gbɔ, ɖo ɖe du si nètia kple gbedoxɔ si metu na wò ŋkɔ gbɔ la, ekema nàse woƒe gbedodoɖa kple kukuɖeɖe le dziƒo, wò nɔƒe eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo. “Tsɔ wò amewo ƒe nu vɔ̃wo katã ke wo eye nàna ame siwo ɖe aboyo wo la nakpɔ nublanui na wo elabena wò amewoe wonye, wò domenyinu si nèɖe tso Egiptetɔwo ƒe kpodzo mee wonye. “Na wò ŋkuwo kple towo siaa naʋu ɖe woƒe kukuɖeɖewo ŋu. Oo, Yehowa, se woƒe gbedodoɖawo eye nàwɔ woƒe biabiawo dzi na wo ɣe sia ɣi si woado ɣli na wò elabena ètia wo le anyigbadzidukɔwo katã dome be woanye wò domenyinu, abe ale si nègblɔ to wò dɔla Mose dzi ene esi nèkplɔ mía fofowo tso Egipte, Oo Aƒetɔ Yehowa.” Esi Solomo wu gbedodoɖa siawo katã na Yehowa nu la, etsi tsitre tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ afi si wòdze klo ɖo heke eƒe abɔwo me ɖo ɖe dziƒo. Etsi tsitre eye wòyra Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la kple gbe sesẽ aɖe hegblɔ be, “Woakafu Yehowa, ame si wɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi eye wòna ŋutifafa eƒe dukɔ, Israel. Nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe emevava le ŋugbe siwo wòdo to Mose dzi la me o. Yehowa, míaƒe Mawu la nanɔ kpli mí abe ale si wònɔ kple mía fofowo eye megblẽ mí ɖi gbeɖegbeɖe o la ene. Eya ŋutɔ nanyɔ didi le mía me be, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me eye míawɔ eƒe se kple ɖoɖo siwo wòna mía tɔgbuiwo la dzi. Yehowa, míaƒe Mawu la nena nye gbedodoɖa sia me nyawo nanɔ eƒe ŋkume zã kple keli ale be wòakpe ɖe nye kple Israel blibo la ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo me. Wòana wòava eme be anyigbadzitɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu eye mawu bubu aɖeke kura megali o. Oo, nye amewo, mianɔ agbe dzadzɛ, le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume, miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo katã dzi, abe ale si miele ewɔm egbe ene la ko!” Azɔ la, Fia Solomo kple Israel blibo la sa vɔwo le Yehowa ŋkume. Solomo sa akpedavɔ na Yehowa kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) kple alẽ kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve (120,000). Ale Fia la kple Israelviwo katã kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Gbe ma gbe ke la, fia la kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si le Yehowa ŋkume la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔsawo ƒe ami. Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene. Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/9-4d61955c21f8cae43bf293398eaefa68.mp3?version_id=1613,"Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la, Yehowa gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae zi gbãtɔ le Gibeon ene. Yehowa gblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi. “Ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware kple dzimekɔkɔ kpakple dzɔdzɔenyenye abe fofowò David ene, eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’ “Ke ne wò alo viwòwo miede megbe le ŋunye, eye miewɔ nye seawo kple ɖoɖo siwo mede asi na mi dzi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku eye wòaɖu fewu agblɔ be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ Eye ŋuɖoɖo la anye, ‘Elabena woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe. Nu sia tae Yehowa he dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo.’ ” Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu xɔ eve siawo: gbedoxɔ la kple eƒe fiasã la vɔ la, Fia Solomo tsɔ du blaeve le Galilea na Hiram, Tiro fia elabena Hiram tsɔ sedatiwo kple sesewutiwo kple sika siwo katã wohiã la nɛ. Ke esi Hiram tso Tiro yi ɖakpɔ du siwo Solomo tsɔ nɛ la, duawo medze eŋu o. Ebia Fia Solomo be, “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nènam? Etsɔ ŋkɔ na duawo be ‘Kabul’ si gɔmee nye, ‘Menyo na naneke o.’ ” Fia Hiram ɖo sika si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe ene alafa etɔ̃ la ɖe fia la. Fia Solomo zi amewo dzi wotu gbedoxɔ, fiasã, Milo mɔ, Yerusalem ƒe gliwo kple Hazor, Megido kple Gezer duwo katã. Gezer nye du si Egipte fia xɔ, tɔ dzoe eye wòwu Israelvi siwo katã nɔ eme. Emegbe la, etsɔ du sia na via nyɔnu si nye Fia Solomo srɔ̃wo dometɔ ɖeka la, abe srɔ̃ɖenunana ene. Solomo gbugbɔ Gezer kple Bet Horon anyigbetɔ, Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu. Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la. Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o). Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. Solomo metsɔ Israelviwo wɔ kluviwo o, ke boŋ wozu asrafowo, dɔnunɔlawo, asrafomegãwo, aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo hã. Israelvi alafa atɔ̃ blaatɔ̃ nye ame siwo nye dzizizidɔwɔlawo dzi kpɔlawo. Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã. Esi wowu gbedoxɔ la tutu nu la, Solomo sa numevɔ kple akpedavɔ zi etɔ̃ ƒe sia ƒe le vɔsamlekpui si wòtu na Yehowa la dzi eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ hã le edzi le Yehowa ŋkume. Fia Solomo na wokpa tɔdziʋuwo hã ɖe Ezion Geber si le Elat gbɔ le Ƒu Dzĩ la ta le Edomnyigba dzi. Hiram ɖo eƒe ame siwo nye ƒudzidɔwɔlawo eye wonya nu tso atsiaƒu ŋu nyuie la ɖa be woawɔ dɔ kple Solomo ƒe amewo le tɔdziʋuawo me. Wode Ofir eye wotsɔ sika kilogram akpe wuiatɔ̃ alafa ɖeka blaeve vɛ na Fia Solomo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/10-7b4f8b6d97377eb8f60eac94111bcf5a.mp3?version_id=1613,"Esi Seba fianyɔnu se ale si Solomo xɔ ŋkɔe kple kadodo si le eya kple Yehowa ƒe ŋkɔ dome la, eva be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽ aɖewo. Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume. Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ. Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku. Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta! Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o! Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!” Eye Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o. Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ. Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o. Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de. Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃ hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu. Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ la me le eƒe fiasã la me. Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. Atrakpui ade nɔ fiazikpui la ŋu eye wowɔ afi si wodea mee la nogoo. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o. Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo. Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. Xexea me tɔwo katã vaa Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo va nanɛ ƒe sia ƒe. Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem. Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. Wodɔa Solomo ƒe sɔwo tsoa Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/11-a3c14af9e5c7573619324b55838f4402.mp3?version_id=1613,"Ke hã la, Fia Solomo galɔ̃ dutanyɔnu geɖewo kpe ɖe Farao ƒe vinyɔnu la ŋuti. Nyɔnuawo nye srɔ̃awo kpe ɖe Egipte fiavinyɔnu la ŋu. Srɔ̃awo dometɔ geɖewo nye Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Sidontɔwo kple Hititɔwo. Togbɔ be Yehowa de se na eƒe amewo be womegaɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me o elabena dukɔ bubu mawo ƒe nyɔnuwo akplɔ wo ade mawu bubuwo subɔsubɔ me hã la, Solomo ya ɖe wo. Srɔ̃ alafa adre kple ahiãvi alafa etɔ̃ nɔ esi. Ame siawo trɔ Fia Solomo ƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu, vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe. Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la. Ale Solomo wɔ nu vɔ̃ eye medze Yehowa yome abe fofoa, Fia David ene o. Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã. Solomo tu nuxeƒewo na srɔ̃a dzronyɔnuwo be woado dzudzɔ eye woasa vɔwo na woƒe mawuwo le teƒe mawo. Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu. Togbɔ be ede se na Solomo be megadze mawu bubuwo yome o hã la, Solomo mewɔ Yehowa ƒe se la dzi o. Ale Yehowa gblɔ na Solomo be, “Esi wònye esiae nye wò nɔnɔme eye mèzɔ ɖe nye nubabla kple nye se siwo mede na wò nu o ta la, maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò kokoko eye matsɔe na tewòviwo dometɔ ɖeka. Ke le fofowò, Fia David ta la, nyemawɔ nu sia le wò agbenɔɣi o. Maxɔe le viwò si. Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.” Ale Yehowa na Hadad, Edomtɔ la de asi ŋusẽkpɔkpɔ me. Solomo de asi vɔvɔ̃ me elabena Hadad tso fiaƒome me le Edom. Ƒe geɖewo do ŋgɔ na nyadzɔdzɔ sia, esi David kplɔ Yoab yi Edom be yewoaɖi Israelvi aɖewo, ame siwo ku le aʋa me la, Israelviwo wu ŋutsuwo katã kloe le Edomnyigba blibo la dzi. Nu sia wɔwɔ xɔ ɣleti ade. Mlɔeba la, wowu ŋutsuawo katã kloe le Edom negbe Hadad kple fiaŋume ʋɛ aɖewo koe susɔ. Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte. Fia Farao na dzeƒe kple nuɖuɖu wo. Hadad va zu Fia Farao xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Farao tsɔ Fianyɔnu Tapenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe. Srɔ̃a dzi ŋutsuvi Gebubat nɛ eye wonyi Gebubat le Fia Farao ƒe fiasã me le fia la ŋutɔ ƒe viŋutsuwo dome. Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom. Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?” Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.” Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi. Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko. Rezon kple Hadad nye Israel ƒe futɔ le Solomo ƒe agbenɔɣi. Ale Rezon ɖu fia le Aram eye wòlé fu Israel kaɖikaɖi. Aglãdzelawo ƒe kplɔla ɖeka hãe nye Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si tso Zereda du la me le Efraimnyigba dzi. Dadaa nye ahosi aɖe si ŋkɔe nye Zerua. Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo. Ke Yeroboam nye ame nuteƒewɔla aɖe eye esi Solomo kpɔ ale si wòwɔa eƒe dɔ nyuie la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe blibo la ƒe dɔlawo nu. Gbe ɖeka esi Yeroboam nɔ dzodzom le Yerusalem la, Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo do goe. Ahiya do awu ʋlaya yeye aɖe na gbe ma gbe ƒe wɔnawo. Ahiya do go Yeroboam eye wòɖee ɖe aga be yeaƒo nu kplii. Esi wo ame eve la nɔ gbedzi la, Ahiya dze eƒe awu ʋlaya yeye la ɖe akpa wuieve me. Egblɔ na Yeroboam be, “Xɔ awu dzedze ewo siawo elabena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Madze fiaɖuƒe la me le Solomo si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò! Ke magble Yuda kple Benyamin ɖi nɛ le nye dɔla, David kple Yerusalem, si nye du si metia le Israel duwo katã dome la ta elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o. “ ‘Nyemaxɔ fiaɖuƒe la le esi fifia o, ke le nye dɔla, David ame si metia, ame si wɔ nye seawo dzi ta la, mana Solomo naɖu fia le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. Ke maxɔ fiaɖuƒe la le via si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò. Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta. Matsɔ wò aɖo Israel ƒe fiazikpui dzi eye mana nàkpɔ ŋusẽ blibo. Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ. Ke le Solomo ƒe nu vɔ̃ ta la, mahe to na David ƒe dzidzimeviwo, ke menye tegbetegbe o.’ ” Solomo di be yeawu Yeroboam, ke Yeroboam si yi Fia Sisak gbɔ le Egipte eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Fia Solomo ku. Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Agbalẽ si woyɔna be, Solomo ƒe Wɔnawo ƒe Agbalẽ la me. Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/12-d578074aa298cc19d73bd0a454074df1.mp3?version_id=1613,"Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.” Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi ne miatrɔ gbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo trɔ dzo. Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.” Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?” Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siawo, esi wogblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ” Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.” Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu. Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo dzo yi aƒe me. Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko. Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe. Esi Israel ƒe to bubu me tɔwo se be Yeroboam gbɔ tso Egipte la, woyɔe be wòava do go ameawo katã. Woɖoe fiae ɖe Israel dzi le afi ma. Yuda kple Benyamin ƒe towo koe nɔ fia siwo nye David ƒe dzidzimeviwo la te. Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. Ke Mawu gblɔ nya siawo na Nyagblɔɖila Semaya be, “Gblɔ na Rehoboam, Yuda fia Solomo ƒe vi kple Yuda kple Benyamin kple ame bubuawo katã be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’ ” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Azɔ la, Yeroboam tu Sekem du la ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi eye wòna wòzu eƒe fiadu. Etu Penuel du la emegbe. Yeroboam bu be, “Ne nyemekpɔ nyuie o la, ameawo adi David ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe abe woƒe fia ene. Ne woyi Yerusalem be woasa vɔ le gbedoxɔ la me la, woadze xɔ̃ fia Rehoboam, ekema woawum eye woana wòazu woƒe fia ɖe tenyeƒe.” Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!” Wotsɔ sikanyiviawo dometɔ ɖeka da ɖe Betel eye woda evelia ɖe Dan. Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe elabena ameawo subɔ wo. Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo. Eɖo ŋkekenyui aɖe anyi da ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi abe ŋkekenyui siwo woɖuna le Yuda ene eye wòsaa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Ewɔ esia le Betel eye wosaa vɔ na nyivi siwo wòwɔ le Betel. Eɖo nunɔlawo na nuxeƒe siwo wòtu. Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/13-f3329b67861493a1f472d600bd6733b8.mp3?version_id=1613,"Le Yehowa ƒe nya nu la, Mawu ƒe ame aɖe tso Yuda va Betel esi Yeroboam nɔ tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ. Edo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ŋu le Yehowa ƒe nya nu be, “Oo, vɔsamlekpui, vɔsamlekpui, ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woadzi viŋutsuvi aɖe si woayɔ be Yosia la na David ƒe aƒe. Dziwòe nunɔla siwo saa vɔ le nuxeƒewo eye wole vɔ sam fifia le afi sia la asa vɔ ɖo eye woatɔ dzo ameƒuwo hã ɖe dziwò.’ ” Gbe ma gbe ke la, Mawu ƒe ame la na dzesi be, “Esiae nye dzesi si Yehowa gblɔ ɖi. Vɔsamlekpui la ama ɖe eve eye dzofi si le edzi la akaka ɖe anyigba.” Esi Fia Yeroboam se nya si Mawu ƒe ame la gblɔ ɖi ɖe Betel vɔsamlekpui la ŋuti kple ɣli la, edo eƒe asi ɖa tso vɔsamlekpui la gbɔ eye wògblɔ be, “Milée!” Gake asi si wòdo ɖe amea gbɔ la dze ti ɖe eŋu, ale be magate ŋu ahee ava eɖokui ŋu o. Hekpe ɖe esia ŋuti la, vɔsamlekpui la ma ɖe eve siãa eye afi si nɔ edzi la dudu ɖe anyigba to dzesi si Mawu ƒe ame la na to Yehowa ƒe nya dzi. Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ɖe kuku ɖe tanye le Yehowa, wò Mawu la gbɔ eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye be nye asi naɖɔ ɖo.” Ale Mawu ƒe ame la ɖe kuku na Yehowa ɖe eta eye fia la ƒe asi ɖɔ ɖo, ganɔ abe tsã ene. Fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Kplɔm ɖo míayi nye aƒe me ne nàdi nane aɖu eye mana nunana wò.” Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o elabena Yehowa ƒe nya de se nam be, ‘Mègaɖu abolo alo ano tsi alo atrɔ agbɔ ato mɔ si dzi nèto yi la dzi o.’ ” Ale wòto mɔ bubu dzo eye megato mɔ si wòto yi Betel la o. Eva eme be nyagblɔɖila tsitsi aɖe nɔ Betel. Viawo yi egbɔ eye wogblɔ nu si Mawu ƒe ame si tso Yuda la wɔ kple nya si wògblɔ na fia la nɛ. Nyagblɔɖila tsitsi la bia be, “Mɔ ka wòto dzo?” Viawo fia mɔ lae. Egblɔ na viawo be, “Netsɔ! Mibla akpa na nye tedzi nam.” Esi wobla akpa na tedzia la, eti Mawu ƒe ame la yome eye wòtui wònɔ anyi ɖe logoti aɖe te nɔ dzudzɔm. Nyagblɔɖila tsitsi la biae be, “Wòe nye Mawu ƒe ame si tso Yuda vaa?” Eɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.” Nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ nɛ be, “Ekema va míyi nye aƒe me nàɖu nu.” Mawu ƒe ame la gblɔ be, “Nyemate ŋu atrɔ ayi kpli wò o eye nyemate ŋu aɖu abolo alo ano tsi kpli wò le afi sia o. Yehowa ƒe nya gblɔ nam be, ‘Mèkpɔ mɔ aɖu abolo alo ano tsi le afi ma alo àtrɔ agbɔ to mɔ si nèto yi la o.’ ” Ke nyagblɔɖila tsitsi la gblɔ be “Nyagblɔɖilae nye hã menye abe wò ke ene. Mawudɔla aɖe gblɔ nya aɖe nam tso Yehowa gbɔ. Ele be makplɔ wò ayi nye aƒe me eye mana nuɖuɖu kple tsi wò.” Ke ɖeko nyagblɔɖila tsitsi la blee. Ale wòyi Nyagblɔɖila tsitsi la ƒe aƒe me, ɖu nu eye wòno tsi. Esi wonɔ nu ɖum la, Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila tsitsi la. Edo ɣli gblɔ na Mawu ƒe ame, si tso Yuda la be, “Nya si Yehowa gblɔe nye, ‘Ètsi tsitre ɖe nya si Yehowa gblɔ la ŋu eye mèwɔ se si Yehowa, wò Mawu la de na wò la dzi o. Ètrɔ gbɔ, ɖu abolo eye nèno tsi le afi si Yehowa de se na wò be mègaɖu nu, nàno tsi le o eya ta womaɖi wò kukua ɖe fofowòwo ƒe yɔdo me o.’ ” Esi Mawu ƒe ame la ɖu nu, no nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la, ame si na wòtrɔ gbɔ la, bla akpa na eƒe tedzi nɛ. Esi Mawu ƒe ame la dze mɔ yina la, dzata aɖe do goe hewui. Eƒe kukua mlɔ mɔa dzi, tedzi la kple dzata la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Emetsola aɖewo kpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi kple dzata si nɔ tsitre ɖe egbɔ eye woyi ɖagblɔ nya la le du si me nyagblɔɖila tsitsi la nɔ. Esi nyagblɔɖila tsitsi la se nya si dzɔ la, edo ɣli be, “Mawu ƒe ame si mewɔ Yehowa ƒe se dzi o lae. Yehowa wɔ nya si wògblɔ la dzi eye wòna dzata la wui.” Ena viawo bla akpa na eƒe tedzi. Ekpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi eye dzata la kple tedzi la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o eye melé tedzi la hã o. Ale nyagblɔɖila la tsɔ ame kuku la ɖe tedzi dzi va dua me be yeafae eye yeaɖii. Eɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me eye wòfae vevie be, “Ao, nɔvinye!” Egblɔ na viawo emegbe be, “Ne meku la, miɖim ɖe yɔdo si me woɖi Mawu ƒe ame la ɖo. Mitsɔ nye ƒuwo mlɔ eƒe ƒuwo xa, elabena Yehowa gblɔ nɛ be wòaƒo nu atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui si le Betel la ŋu eye fiƒode si wòda ɖe nuxeƒe siwo le Samaria dzi la aɖi wo ŋu.” Togbɔ be Mawu ƒe ame la xlɔ̃ nu Yeroboam hã la, Yeroboam meɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu o, ke boŋ egatsɔ ame geɖe siwo metso Levi ƒe ƒome la me o la ɖo nunɔlawoe be woasa vɔ na legbawo le nuxeƒe siwo le toawo dzi. Ame sia ame si lɔ̃ ko la, ate ŋu azu nunɔla. Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe, ena Yeroboam ƒe fiaɖuƒe la gbã eye wòhe ku vɛ na eƒe ƒometɔwo katã." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/14-706639110c7a2233a3089af5d139c5fc.mp3?version_id=1613,"Le ɣe ma ɣi me la, Yeroboam ƒe vi, Abiya dze dɔ eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi. Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevi la dzi na wò.” Ale srɔ̃a yi Ahiya ƒe aƒe me le Silo. Ahiya zu ametsitsi aɖe azɔ eye megatea ŋu kpɔa nu o. Ke Yehowa ɖee fia Ahiya bena, fianyɔnu la gbɔna eɖokui trɔ ge abe ame bubu ene eye wòava egbɔ ava bia nyae tso via ŋu elabena via dze dɔ sesĩe. Yehowa gblɔ nu si wòagblɔ na nyɔnu la nɛ. Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò, gblɔ nya siawo tso Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ na srɔ̃wò be, ‘Metia wò tso ame maɖinuwo dome eye meɖo wò fiae ɖe Israel dzi. Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ. Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem. “ ‘Le esia ta la, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yeroboam ƒe aƒe dzi eye matsrɔ̃ ŋutsuwo katã kple eƒe alimeviwo le Israel. Matɔ dzo Yeroboam ƒe aƒe abe ale si wotɔa dzo lãwo ƒe afɔdzi tso lãkpowo me ene. Meka atam be avuwo aɖu wò ƒometɔ siwo aku le dua me eye xewo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.’ ” Ahiya gagblɔ na Yeroboam srɔ̃ be, “Yi aƒe. Ne èɖo dua me teti ko la, ɖevi la aku. Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me, Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã. Ekema Yehowa aʋuʋu Israel abe ale si tɔsisi nyamaa aƒla si ge ɖe eme la ene, aho Israel le wo fofowo ƒe anyigba nyui sia dzi eye wòakaka wo ɖe Frat tɔsisi la godo, esi wodo dɔmedzoe na Yehowa to aƒeliwo subɔsubɔ me la ta. Yehowa agblẽe ɖi le nu vɔ̃ si Yeroboam wɔ eye wòkplɔ Israel blibo la hã de nu vɔ̃ me la ta.” Yeroboam srɔ̃ trɔ yi Tirza. Esi wòɖo eƒe aƒe me ƒe agbo nu ko la, ɖevi la ku. Wofa ɖevi kuku la le anyigba blibo la dzi abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to eƒe nyagblɔɖila Ahiya dzi la ene. Woŋlɔ Yeroboam ƒe nuwɔna bubuawo, eƒe aʋawɔwɔwo kple nya bubu siwo dzɔ le eƒe fiaɖuɖu me la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaeve. Esi wòku la, via Nadab ɖu fia ɖe eteƒe. Le ɣeyiɣi sia me la, Rehoboam, Solomo ƒe vi nye fia le Yuda. Exɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Yehowa tia le Israel duwo katã dome be yeanɔ eme la me. Rehoboam dadae nye Naama, Amoni nyɔnu aɖe. Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã. Wotu nuxeƒewo, li aƒeliwo kple legbawo ɖe to kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. Ŋutsu nuxeƒegbolowo hã xɔ anyigba blibo la dzi. Ame siwo nɔ Yuda la wɔ busunuwo abe trɔ̃subɔdukɔ siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be yeƒe amewo nakpɔ teƒe anɔ la ene. Le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu eye wòɖu edzi. Elɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ bubuwo tso Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/15-ef501ecb247e14a8e09480c98f8d6233.mp3?version_id=1613,"Le Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiyam zu Yuda fia. Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu. Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o. Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko. Aʋawɔwɔ nɔ Israel kple Yuda dome enuenu le Abiyam ƒe fiaɖuɣi. Woŋlɔ Abiyam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Abiyam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Asa ɖu fia ɖe eteƒe. Asa zu Yuda fia le Yerusalem le Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe blaevelia me. Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu. Asa ɖɔ ŋu ɖo hewɔ nu si dza le Yehowa ƒe ŋkume abe ale si tɔgbuia Fia David wɔ ene. Ewu ŋutsu siwo nye gbolowɔlawo katã eye wòɖe legba siwo katã fofoa wɔ la ɖa. Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. Togbɔ be megbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi o hã la, eƒe dzi nɔ Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Aʋawɔwɔ nɔ edzi ɖaa le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome. Baasa, Israel fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia Asa ƒe nuto me alo ado tso eme o. Ale Asa tsɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe kple nu xɔasi siwo katã nɔ fiasã la me la na eŋumewo. Ena be woatsɔ wo aɖana Siria fia Ben Hadad, si nye Hezion vi Tabrimon ƒe vi le Damasko eye woagblɔ nɛ bena, “Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.” Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Esi Baasa se be woho aʋa ɖe yeƒe duwo ŋu la, edzudzɔ Rama du la tutu eye wòtrɔ yi Tirza. Fia Asa ɖe gbeƒã le Yudanyigba blibo la dzi be ŋutsu lãmesesẽtɔ ɖe sia ɖe nava na kpekpeɖeŋu yewoagbã Rama eye yewoalɔ xɔtukpewo kple xɔtutiwo katã adzoe. Fia Asa wɔ xɔtunu siawo ŋu dɔ tsɔ tu Geba du le Benyamin kple Mizpa du la. Woŋlɔ Asa ƒe agbemeŋutinya mamlɛa, dukɔ siwo dzi wòɖu, eƒe nuwɔwɔwo kple du siwo wòtso la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Dɔléle va dze eƒe afɔwo dzi le eƒe tsitsime. Esi wòku la, woɖii ɖe fiawo ɖiƒe le Yerusalem. Via Yehosafat zu Yuda fia ɖe eyome. Le ɣeyiɣi siawo me la, Nadab, Yeroboam ƒe vi zu fia le Israel, le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Eɖu fia ƒe eve, ke menye fia nyui aɖeke o. Esubɔ legba geɖewo eye wòhe Israel dukɔ la de nu vɔ̃ me abe fofoa ene. Baasa, Ahiya ƒe vi si tso Isaka ƒe to la me ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòwui esime wònɔ Israel ƒe aʋakɔ la me eye wòɖe to ɖe Gibeton, si nye Filistitɔwo ƒe du. Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me. Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene. Esia va eme esi Yeroboam do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Israelviwo kpɔkplɔ de nu vɔ̃ me la ta. Woŋlɔ nya bubuawo tso Baasa ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Aʋawɔwɔ nɔ edzi le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome le woƒe fiaɖuɣiwo me. Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eto Yeroboam ƒe afɔtoƒe eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo Yeroboam na Israel wɔ le eƒe fiaɖuɣi." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/16-e2a080c6a3ccfd32b1da3582e95572f6.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na Fia Baasa to Nyagblɔɖila Yehu dzi be, “Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo, eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ƒe dzidzimeviwo ene. Wò ƒometɔ siwo aku le dua me la, avuwo aɖu wo eye esiwo aku ɖe gbedzi la, akagawo aɖu wo.” Woŋlɔ nu bubu ɖe sia ɖe si Baasa wɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Baasa ku woɖii ɖe Tirza eye via Ela ɖu fia ɖe eteƒe. Nyagblɔɖila Yehu gblɔ nya si tso Yehowa gbɔ, tso Baasa kple eƒe ƒometɔwo ŋu le nu vɔ̃ siwo Baasa wɔ ɖe Yehowa ŋu ta. Edo dɔmedzoe na Yehowa, menye le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ko ta, abe ale si Yeroboam wɔ le eŋgɔ ene o, ke boŋ le ale si wòwu Yeroboam ƒe ƒometɔwo katã hã ta. Ela, Baasa ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adelia me. Eɖu fia ƒe eve ko. Aʋafia Zimri, ame si kpɔa fia la ƒe tasiaɖamwo ƒe afã dzi la ɖo nugbe ɖe Fia Ela ŋu. Gbe ɖeka la, esi Fia Ela mu aha afã kple afã le Arza, ame si nye fiasãdzikpɔla ƒe aƒe me le Tirza, si nye fiadu la me la, Zimri zɔ tẽe ɖatɔ nue ƒu anyi eye wòku. Nya sia dzɔ le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me. Zimri tsɔ eɖokui ɖo Israel fiae ɖe eteƒe. Ewu Fia Baasa ƒe ƒometɔwo katã enumake eye megblẽ ŋutsu ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖi o. Ewu eƒe ƒometɔ siwo mete ɖe eŋu tututu o kple exɔlɔ̃wo gɔ̃ hã. Baasa ƒe ƒometɔ siawo wuwu na nya si Yehowa gblɔ da ɖi to Nyagblɔɖila Yehu dzi la va eme. Dzɔgbevɔ̃enya sia dzɔ le Baasa kple via Ela ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wokplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ me eye Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Ela ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre. Aʋakɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeton si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe la xa. Esime Israelviwo se le asaɖa la me be Zimri ɖo nugbe ɖe fia la ŋu eye wòwui la, wotsɔ Omri, woƒe aʋafia la ɖo fiae gbe ma gbe ke le asaɖa la me. Ale Omri kplɔ aʋakɔ si nɔ Gibeton la eye wòɖe to ɖe Tirza si nye Israel ƒe fiadu. Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me. Esia va eme elabena eya hã wɔ nu vɔ̃ abe Yeroboam ene. Esubɔ legbawo eye wòkplɔ Israel de nu vɔ̃ me. Woŋlɔ Zimri ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nugbeɖoɖo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Azɔ la, Israel fiaɖuƒe la ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka nɔ Aʋafia Omri dzi eye akpa evelia nɔ Tibni, Ginat ƒe vi dzi. Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o. Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ̃-ɖekɛ esime Omri de asi fiaɖuɖu me le Israel. Omri ɖu fia ƒe ade le Tirza. Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria. Ke Omri nye nu vɔ̃ wɔla wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam wɔ ene eye wòkplɔ Israel de legbasubɔsubɔ me. Woŋlɔ Omri ƒe ŋutinya ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Omri ku la, woɖii ɖe Samaria eye Via ŋutsu Ahab zu fia ɖe eteƒe. Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi esime Ahab zu fia ɖe Israel dzi. Ahab ɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve. Ahab wɔ nu vɔ̃ wu fofoa Omri gɔ̃ hã; ewɔ nu vɔ̃ wu Israel fia ɖe sia ɖe! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me. Gbã la, etu gbedoxɔ kple vɔsamlekpui na Baal ɖe Samaria. Emegbe la, Ahab li aƒeli bubuwo eye wòwɔ nu vɔ̃ bubu geɖe siwo gado dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la wu Israel fia bubu siwo katã do ŋgɔ nɛ. Le esime Ahab nɔ fia ɖum la, ŋutsu aɖe tso Betel, ame si ŋkɔe nye Hiel la gbugbɔ Yeriko tu. Esi wòɖo gɔmeɖokpea la, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abiram, ku eye esi wòwu enu hede agbowo dua ƒe gliwo nu la, Via ŋutsu suetɔ, Segub, hã ku. Esia va eme le fiƒode si Yehowa da ɖe du la dzi abe ale si Yosua, Nun ƒe vi la gblɔ ene la nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/17-3084bc8dd35dc285be42d43d797bfabf.mp3?version_id=1613,"Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.” Yehowa gblɔ na Eliya bena, “Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ vɛ na wò elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu vɛ na wo.” Ale Eliya wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wònɔ tɔʋu la to. Akpaviãwo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me. Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋu la mie elabena tsi megadza ɖe anyigba la dzi kpɔ o. Yehowa ƒe nya va na Eliya bena, “Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.” Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?” Esi ahosi la trɔ yina be yeaku tsi la vɛ nɛ la, Eliya yɔe, gblɔ nɛ be, “Nyo dɔ me nàtsɔ abolo aɖe hã kpe ɖe tsi la ŋu vɛ nam.” Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.” Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Wɔ mavɔ le wò wɔze me o eye ami hã mavɔ le wò amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’ ” Ale ahosi la wɔ nu si Eliya gblɔ nɛ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso wɔ la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo. Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea nɔ la ƒe viŋutsu dze dɔ. Dɔ la sesẽ nɛ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso. Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam.” Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi. Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?” Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!” Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe. Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!” Ahosi la gblɔ nɛ be, “Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso wò nu me la nye nyateƒe.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/18-23ad0cba7d18074b1d125df2c0e1bb7b.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.” Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria. Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe. Eva eme be fianyɔnu Yezebel dze agbagba be yeawu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo katã le anyigba la dzi, ke Obadiya dze agbagba ɣla wo dometɔ alafa ɖeka ɖe agado eve me. Ame blaatɔ̃ nɔ agado ɖeka me eye blaatɔ̃ hã nɔ agado evelia me. Enyi wo kple abolo kple tsi ƒuƒlu ko. Fia Ahab gblɔ na Obadiya be, “Tsa le tɔsisi kple tɔʋu ɖe sia ɖe to le anyigba blibo la dzi ɖewohĩ miakpɔ gbe ana sɔawo kple tedziawo woaɖu be miaƒe lãwo magatsrɔ̃ na mi o. Ale ame eveawo tsa le anyigba la dzi; Ahab tsɔ eƒe mɔ eye Obadiya hã lé eƒe mɔ tsɔ.” Obadiya kpɔ Eliya wògbɔna egbɔ. Obadiya dze sii enumake. Ede ta agu nɛ eye wòbiae be, “Nye aƒetɔ Eliya, wò tututuea?” Eliya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye tututue. Yi nàgblɔ na Fia la be mele afii.” Obadiya biae be, “Nu gbegblẽ ka mewɔ be nètsɔ wò dɔla le asi dem na Ahab be wòawu? Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli si nye aƒetɔ medɔ ame ɖo be woadi wò o. Ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gblɔ be mèle yewo gbɔ o la, enana wokaa atam be nyateƒee yewomekpɔ wò o. Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ, agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ Nyemenya afi si Yehowa ƒe Gbɔgbɔ akplɔ wò ayii ne medzo le gbɔwò o. Ke ne meɖagblɔe na Ahab eye meva kpɔ wò o la, awum. Ke hã la, nye, wò dɔla, mesubɔ Yehowa tso nye ɖekakpuime ke. Nye aƒetɔ, ɖe mèse nu si mewɔ esi Yezebel nɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo wum oa? Meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado eve me, blaatɔ̃ ɖe agado ɖeka me, blaatɔ̃ ɖe agado evelia me eye mena nuɖuɖu kple tsi wo. Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ Awum godoo!” Eliya gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si mesubɔna la ƒe agbe be egbe matsɔ ɖokuinye afia Ahab godoo.” Ale Obadiya yi ɖagblɔ na Fia Ahab be Eliya va. Ale Ahab do go be yeayi aɖakpee. Esi wòkpɔ Eliya la, ebiae be, “Wòe nye ema? Wò ame si le fu ɖem na Israel mahã?” Eliya ɖo eŋu be, “Nyemehe fukpekpe aɖeke va Israel dzi o, ke boŋ wò kple fofowò ƒe aƒe lae elabena miegble Yehowa ƒe sededewo ɖi eye miedze Baalwo yome. Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.” Ale Ahab ɖo du ɖe Israelnyigba katã dzi eye wòna nyagblɔɖilawo ƒo ƒu ɖe Karmel to dzi. Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o. Eliya yi edzi be, “Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila si susɔ, ke nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ le Baal ya si. Midi nyitsu eve na mí. Mina woatia ɖeka na wo ɖokui. Wonefli lã la eye woatsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi gake womado dzo ɖe ete o. Nye hã mafli nyitsu evelia atsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi eye nyemado dzo ɖe ete o. Ekema miayɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ eye nye hã mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ eye mawu si aɖo dzo ɖa la, eyae nye Mawu.” Tete ameawo katã do ɣli be, “Nya si nègblɔ la nyo.” Eliya trɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miawo miwɔ mia tɔ gbã, elabena miesɔ gbɔ. Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka, miflii da ɖe nakeawo dzi eye miyɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ gake migade dzo nakeawo te o.” Wokplɔ nyitsu si wotsɔ na wo la, wowui, heflii ɖo nakeawo dzi. Tete woyɔ Baal ƒe ŋkɔ tso ŋdi va se ɖe ŋdɔ. Wodo ɣli be, “Oo Baal, tɔ na mí!” Gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o eye ame aɖeke metɔ na wo o. Ale woɖu ɣe ƒo xlã vɔsamlekpui si woɖi. Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.” Ale wogado ɣli ɖe edzi sesĩe wu tsã, eye le woƒe kɔnyinyi nu la, wotsɔ hɛwo kple yiwo si wo ɖokui va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu. Le ɣetrɔ me la, woganɔ woƒe gbedodoɖa dzi kple ŋkubiã va se ɖe fiẽvɔsaɣi gake ame aɖeke metɔ o, ame aɖeke meɖo nya ŋu na wo loo alo ɖo to wo o. Eliya gblɔ na ameawo katã be, “Mite va gbɔnye!” Ameawo katã ƒo ƒu ɖe eŋu esi wòdzra Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wogbã la ɖo. Etsɔ kpe wuieve ɖe Yakob, ame si Yehowa gblɔ na be, “Wò ŋkɔe anye Israel” la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu. Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ŋkɔ me eye wòɖe do ƒo xlãe. Do la lolo ale be woate ŋu akɔ tsi lita wuiatɔ̃ ɖe eme. Eɖo nakeawo ɖe vɔsamlekpui la dzi eye wòfli nyitsu la hetsɔ ɖo nakeawo dzi. Emegbe la egblɔ na wo be, “Miku tsi ɖe tsizɔ eneawo me eye miatrɔe akɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi.” Egblɔ na wo be, “Migawɔe ake” eye wogawɔe. Eɖe gbe na wò be, “Miwɔe zi etɔ̃lia.” Ale wowɔe zi etɔ̃lia. Ale tsi la gbagba tso vɔsamlekpui la dzi eye wòyɔ do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la gɔ̃ hã. Esime fiẽvɔsaɣi ɖo la, Eliya te ɖe vɔsamlekpui la ŋu eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, ɖee fia egbe be wòe nye Mawu le Israel eye mewɔ esiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, oo Yehowa, tɔ nam. Ekema, oo Yehowa, ame siawo anyae be, wòe nye Mawu eye be wòe gbugbɔ woƒe dzi le tɔtrɔm ɖe ŋuwò.” Tete Yehowa ƒe dzo ge va fia vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigli la eye wòno tsi wòvɔ le do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la me ƒiaƒiaƒia! Esi ameawo katã kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli be, “Yehowae nye Mawu! Yehowae nye Mawu vavã!” Tete Eliya ɖe gbe na wo be, “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo. Migana wo dometɔ aɖeke nasi adzo o!” Ale wolé wo eye Eliya na wokplɔ wo ɖi agae yi ɖe Kison balime eye wòwu wo le afi ma. Azɔ la, Eliya gblɔ na Fia Ahab be, “Yi nàdi nu nyui aɖe nàɖu elabena tsi gã aɖe ɖo gbɔna.” Ale Ahab ɖo kplɔ̃ gã aɖe, ke Eliya lia Karmel to la, dze klo eye wòtsɔ eƒe ta de eƒe klowo dome. Egblɔ na eƒe subɔla be, “Yi nàkpɔ atsiaƒu la gbɔ lɔƒo ɖa.” Subɔla la de gbɔ va gblɔ na Eliya be, “Nyemekpɔ naneke o.” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàgayi, nàgayi zi adre!” Mlɔeba la, esi subɔla la yi zi adrelia la, egblɔ na Eliya be, “Mekpɔ lilikpo aɖe wòlolo abe ŋutsu ƒe asi ene. Enɔ hohom tso atsiaƒu la me.” Eliya do ɣli enumake be, “Ɖe abla nàyi Ahab gbɔ, gblɔ nɛ be wòage ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòaɖi tso to la dzi kaba, ne menye nenema o la, tsidzadza ava xe mɔ nɛ!” Azɔ la, lilikpowo va xe dziŋgɔli la ŋkume litii eye ahomya sesẽ aɖe he tsidzadza gã aɖe vɛ. Ahab dzo enumake yi Yezreel. Yehowa ƒe ŋusẽ va Eliya dzi ale be, esi wòbla eƒe ali dzi nyuie la, ete ŋu ƒu du nɔ ŋgɔ na Ahab ƒe tasiaɖam va se ɖe Yezreel ƒe agbo nu." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/19-d141f81add6d2cbb77c0c3979abf59f2.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.” Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma. Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.” Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu! Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi. Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, “Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò.” Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi. Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ. Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?” Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Do go, natsi tsitre ɖe to la dzi le Yehowa ŋkume elabena Yehowa ava tso eme ayi.” Tete yaƒoƒo sesẽ aɖe kaka toawo, gbã agakpeawo le Yehowa ŋkume gake Yehowa menɔ yaƒoƒo sesẽ la me o. Anyigbaʋuʋu kplɔ yaƒoƒo sesẽ la ɖo, gake Yehowa menɔ anyigbaʋuʋu la me o Dzo bibi kplɔ anyigbaʋuʋu la ɖo gake Yehowa menɔ dzo bibi la me o. Gbe bɔlɔe aɖe kplɔ dzo bibi la ɖo. Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu. Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?” Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi. Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe. Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu. Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.” Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo. Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?” Elisa trɔ yi eƒe nyiawo gbɔ, wu wo dometɔ eve eye wòtsɔ nyiawo ƒe kɔkutiawo do dzoe heme woƒe lã. Ena lã la dɔwɔla bubuawo eye wo katã woɖu nu nyuie. Le esia megbe la, edze Eliya yome abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/20-842c037ad8efe3a5962fc1099a7aec01.mp3?version_id=1613,"Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii. Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be, ‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’ ” Israel fia ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple fia, abe ale si nègblɔe ene la, nye ŋutɔ kple nu siwo le asinye la nye tɔwò!” Ame dɔdɔawo gava eye wogblɔ be, “Ben Hadad be, ‘Togbɔ be medɔ ame ɖe wò be maxɔ wò klosalo kple sika kple srɔ̃wòwo kple viwòwo hã la, etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’ ” Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.” Aɖaŋuɖolawo ɖo aɖaŋu nɛ be, “Mègatsɔ nu bubu aɖeke wu esiawo nɛ o.” Ale Fia Ahab gblɔ na Fia Ben Hadad ƒe ame dɔdɔwo be, “Migblɔ na nye aƒetɔ, fia la be, ‘Matsɔ nu sia nu si nèbia zi gbãtɔ la na wò gake wò amewo maka nye fiasã la kple nye amewo ƒe aƒewo me o.’ ” Ale ame dɔdɔawo trɔ yi Ben Hadad gbɔ. Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!” Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ” Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.” Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!” Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Alea Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato ɖekakpuiwo, asrafo siwo le nutoa me la dzi.’ ” Ahab gabia be, “Ame kae adze aʋa la gɔme?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be, “Miawoe!” Ale Ahab ƒo aʋawɔla alafa eve blaetɔ̃-vɔ-eve (232) nu ƒu tso dutawo kpe ɖe Israelʋakɔ mamlɛa, ame akpe adre, ŋu. Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi. Anyigbadzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo tre hoho. Ben Hadad dɔ amewo ɖa eye wogbɔ va gblɔ nɛ bena, “Samaria ŋutsuwo ho aʋa gbɔna ɖa.” Ben Hadad ɖe gbe na wo be, “Milé wo agbagbe ne wova na ŋutifafa loo alo aʋawɔwɔ!” Ɖekakpui siwo nye asrafo, siwo le nutoa dzi kpɔm la dze ŋgɔ eye asrafoawo kplɔ wo ɖo do le dua me. Ame sia ame wu Siria srafo ɖeka. Sẽe ko la, vɔvɔ̃ ɖo Syriaʋakɔ blibo la eye wosi. Israelviwo kplɔ wo ɖo. Ben Hadad kple eŋume ʋɛ aɖewo do sɔwo kple tasiaɖamwo hesi. Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo. Nyagblɔɖila la te ɖe Israel fia ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na Siria fia ƒe aʋa bubu hoho ɖe ŋuwò!” Esi Israelviwo ɖu Siriatɔwo dzi la, Ben Hadad ƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Israelviwo ƒe mawuwo nye todzimawuwo eya tae woɖu mía dzi; ke míate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le balime. Azɔ la, na aʋafiawo naxɔ fiawo teƒe. Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ. Esi ƒe trɔ la, eƒo Aramea aʋakɔ la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu azɔ le Afek. Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu! Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.” Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka (100,000) le ŋkeke gbãtɔ dzi. Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me. Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?” Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’ ” Israel Fia bia be, “Oo, egale agbea? Nɔvinyee!” Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!” Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me! Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo. Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka be, wòagblɔ na nɔvia aɖe be, “Tsɔ wò yi dzam!” Ke nɔvia gbe. Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui. Nyagblɔɖila la trɔ ɖe ame bubu gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsɔ wò yi dzam.” Ame la dzae eye wòde abi eŋu. Nyagblɔɖila la tso mɔ na fia la. Etsɔ avɔ kakɛ bla eƒe ŋkuwo dzi, ale be womagadze si ye o. Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’ Esi wò dɔla nɔ srẽɖi dzem le afii kple afi kemɛ la, amea si dzo.” Israel fia gblɔ nɛ be, “Esiae nye wò afiatsotso. Wò ŋutɔe tso afia, bu fɔ ɖokuiwò.” Tete nyagblɔɖila la ɖe avɔ kakɛ la ɖa le eƒe ŋkume eye fia la dze sii be yeƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae. Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’ ” Ale Israel fia trɔ yi Samaria kple dɔmedzoe kple moyɔyɔ." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/21-17a857b12fdc6131bcc06c4d8f67ec82.mp3?version_id=1613,"Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nya aɖe va dzɔ ku ɖe Nabɔt, Yezreltɔ ƒe waingble ŋuti. Waingble la nɔ Yezreel eye wòte ɖe Samaria fia, Ahab ƒe fiasã ŋu. Gbe ɖeka la, Fia Ahab bia Nabɔt be wòadzra anyigba la na ye. Fia la ɖe eme nɛ be, “Medi be mawɔ abɔ aɖe ɖe anyigba sia dzi elabena ete ɖe nye fiasã la ŋu. Egblɔ be yeaxe ga ɖe eta gake ne elɔ̃ la, yeatsɔ anyigba bubu si nyo wu etɔ la aɖo eteƒe nɛ.” Ke Nabɔt ɖo eŋu be, “Anyigba sia nye tɔgbuinyigba na mí. Naneke mana maɖe asi le eŋu na wò o.” Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu! Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?” Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!” Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!” Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt. Eɖe gbe na wo le agbalẽawo me be, “Miƒo ƒu dua me tɔwo hena nutsitsidɔ kple gbedodoɖa. Emegbe la, miayɔ Nabɔt eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.” Dumegãwo kple bubume siwo le dua me la wɔ nu si Yezebel ŋlɔ ɖo ɖa wo be woawɔ la. Woƒo ƒu ameawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu Nabɔt. Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku. Le esia megbe la, dumegãwo ɖo du ɖe Yezebel be Nabɔt ku. Esi Yezebel se be Nabɔt ku la, egblɔ na Ahab be, “Waingble si Nabɔt gbe be yemadzra na wò o la, fifia àte ŋu axɔe azɔ; Nabɔt ku!” Ale Ahab yi waingble la me be yeaxɔe wòazu ye tɔ. Ke Yehowa gblɔ na Eliya, Tisbitɔ be, “Yi Fia Ahab gbɔ le Samaria. Anɔ Nabɔt ƒe wainbɔ me, axɔe abe etɔe ene. Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ” Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume. Mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò, matsrɔ̃ wò dzidzimeviwo eye maɖe ŋutsu ɖe sia ɖe ɖa le Ahab ŋu le Israel, eɖanye ablɔɖevi alo kluvi o. Mawɔ wò aƒe abe Yeroboam, Nebat ƒe vi tɔ ene eye abe Baasa, Ahiya ƒe vi tɔ ene elabena èdo dziku nam eye nèna Israel ge ɖe nu vɔ̃ me. “Azɔ la, Yehowa gblɔ nam ku ɖe Yezebel ŋuti be, ‘Avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel ƒe gliwo gbɔ.’ “Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.” Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe. Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene. Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe. Tete Yehowa ƒe gbe va na Eliya, Tisbitɔ la be, “Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ta la, nyemahe dzɔgbevɔ̃e la vɛ le eƒe ŋkekewo me o, ke boŋ mahee va eƒe aƒe dzi le via ƒe ŋkekewo me.”" https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/1KI/22-31d1e0250c38cae2107023238b56d653.mp3?version_id=1613,"Aʋawɔwɔ meganɔ Aramtɔwo kple Israelviwo dome o hena ƒe etɔ̃. Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la, Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?” Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yuda fia Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene.” Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia be, “Bia gbe Yehowa gbã.” Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Yehowa atsɔe ade fia la ƒe asi me.” Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele afi sia ne míabia gbee oa?” Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.” Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!” Le ɣeyiɣi sia me Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye “Nyagblɔɖilawo” katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume. Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’ ” Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.” Ame si yi ɖayɔ Mikaya la gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be, àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nya nyui aɖe agblɔ.” Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.” Esi Mikaya va do la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míagbe aʋahoho ɖe eŋua?” Mikaya gblɔ nɛ be, “Ho aʋa ɖe eŋu enumake elabena Yehowa ana nàɖu dzi.” Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?” Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ” Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nya nyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.” Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi. Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa. Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ “Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’ “Mawudɔla la ɖo eŋu be, Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nu me na eƒe nyagblɔɖilawo katã. “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’ “Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nu me na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.” Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?” Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.” Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas. Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ” Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.” Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead. Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi. Ke Aram fia de se na eƒe tasiaɖam blaetɔ̃-vɔ-eveawo dzi kpɔlawo be womegawɔ aʋa kple ame bubu aɖeke o, ke boŋ woati Israel fia ɖeɖe ko yome. Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, “Ame sia kokokoe nye Israel fia la.” Ale wolũ ɖe edzi, ke esi Yehosafat do ɣli la, tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ be menye eyae nye Israel fia la o, ale wodzudzɔ eyometiti. Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.” Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, eye eƒe ʋu nɔ ɖuɖum ɖe tasiaɖam la me; ke le fiẽ me la, eku. Esime ɣe nɔ to ɖom la, amewo do ɣli le aʋakɔ la me be, “Ame sia ame nesi yi eƒe du me, ame sia ame nesi ayi eƒe anyigba dzi!” Ale fia la ku eye wotsɔe ɖaɖi ɖe Samaria. Esi woklɔ eƒe tasiaɖam la kple eƒe gawu le Samaria ta la to, afi si gbolowo lea tsi le la, avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi ene. Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Woɖi Ahab ɖe tɔgbuiawo dome eye via Ahazia zu Israel fia ɖe eteƒe. Le Yuda la, Yehosafat, Asa ƒe vi zu Israel fia le Ahab ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu. Ewɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi abe fofoa Asa ene, edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o ale ameawo saa vɔ eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma. Nu bubu hãe nye ewɔ ŋutifafa kple Ahab, Israel fia. Woŋlɔ Yehosafat ƒe nuwɔnawo kple eƒe dziɖuɖuwo le aʋawo me ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Yehosafat tu ŋutsu siwo nɔ gbolo wɔm le nuxeƒewo tso fofoa Asa ƒe fiaɖuɣi la ƒe xɔwo katã goŋgoŋ. Fia aɖeke menɔ Edom ɣe ma ɣi o: fiateƒenɔla koe nɔ anyi. Fia Yehosafat tu tɔdziʋu gãwo be woayi Ofir atsɔ sika agbɔe, ke womete ŋu trɔ gbɔ o, elabena wogbã le Ezion Geber. Ahazia, Fia Ahab ƒe vi, ame si ɖu fia ɖe Ahab yome la gblɔ na Yehosafat be wòana ye hã yeƒe amewo nayi gake Yehosafat gbe. Esi Fia Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa David ƒe du me eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe. Le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahazia, Ahab ƒe vi dze fiaɖuɖu gɔme ɖe Israel dzi le Samaria. Eɖu fia ƒe eve. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkume elabena eto fofoa kple dadaa kple Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de nu vɔ̃ me la ƒe afɔtoƒe. Esubɔ Baal eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si fofoa wɔ ene." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/COL/1-496b28cc9c51709e0525884649c7bc7f.mp3?version_id=1613,"Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi. Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu. Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me. Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene. Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe, eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi. Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti. Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu. Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi. Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me. Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí. Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la, Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe. Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu. Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ. Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me. Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me. Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo. Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu. Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu; nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ. Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta. Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/COL/2-b25b21884371a6f725c9bcc1f8fcdf48.mp3?version_id=1613,"Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta. Nu si mebia Mawu na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ, elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ. Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo. Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me. Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me. Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me. Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta. Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o. Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu, eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me. Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ. To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me. Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi, eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa. To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi. Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o. Elabena esiawo nye nu siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va. Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ. Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo? “Wobe migaɖu esi o! Migaɖɔ ekemɛ kpɔ o! Eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o!” Nu ka tae? Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu. Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/COL/3-c0bf5f96076c65d3e7e5261c9b80d13b.mp3?version_id=1613,"Azɔ esi mietsi tsitre kple Kristo tso ku me ta la, midi nu siwo le dziƒo, afi si Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe ɖusime. Mina dziƒonuwo ŋuti bubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigbadzinuwo ŋuti bum o. Elabena mieku, eye wotsɔ mi kpakple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me. Ne Kristo si nye miaƒe agbe va do la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me. Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o. Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi. Miewɔa nu siawo tsã esi mienɔ agbe abe xexemetɔ bubuwo ko ene, gake azɔ la, ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le nu siawo katã, siwo nye: dziku, dɔmedzoe, nu to vo wɔwɔ, busunya kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋu. Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me. Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me. Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo. Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke. Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi. Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me. Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi. Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o. Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu. Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o. Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me. Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o, esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na. Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ la, axɔ eƒe nu vɔ̃ ƒe fetu, eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔ eme o." https://audio-bible-cdn.youversionapi.com/1184/32k/COL/4-034b87fd06d4dd59f66092298b5c2470.mp3?version_id=1613,"Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo. Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu. Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo, esi ta mele ga me le afi sia ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔe eme nakɔ abe ale si mate ŋui ene. Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nuƒoƒo me, elabena to esia me ko miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na ame sia ame. Tikiko, mía nɔvi lɔlɔ̃ la agblɔ ale si mele edzii la na mi. Enye nuteƒewɔla si subɔa Aƒetɔ la kplim. Medɔ dɔ tɔxɛ siae be wòava kpɔ ale si miele ɖa, eye be wòafa akɔ na mi, ade dzi ƒo hã na mi. Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi. Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.) Yesu, si wogayɔna hã be Yusto la hã do gbe na mi nyuie. Ame siawo nye Yudatɔwo le nye dɔwɔhatiwo dome hele dɔ wɔm na mawufiaɖuƒe la, eye wònye akɔfafa gã aɖe nam. Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo. Mate ŋu aka ɖe edzi na mi be ewɔ dɔ sesĩe ɖe mi kple kristotɔ bubu siwo le Laodikea kple Hierapoli la nu. Luka, Atikewɔla lɔlɔ̃ la kple Dema hã do gbe na mi nyuie. Mido gbe na nɔvi kristotɔ siwo le Laodikea nam. Mido gbe na Nimfa kple hame si kpea ta le eƒe aƒe me la nam. Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ, eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo la hã miaxlẽ. Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ subɔsubɔdɔ siwo katã Aƒetɔ la be nàwɔ.” Esia nye nye Paulo ŋutɔ ƒe gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi. Miɖo ŋku dzinye le nye gaxɔmenɔnɔ me le afi sia. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi."